Eyata le woƒe dziwo ƒe nudzodzrowo me la Mawu tsɔ wo de asi na makɔmakɔnyenye, bene woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo le wo nɔewo dome; amesiwo tso Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsokaka, eye wovɔ̃, eye wosubɔ nuwɔwɔ wu wɔla, si wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen. Eyaŋuti Mawu tsɔ wo de asi na ahɔhlɔ̃bɔbɔ yomenɔnɔ; elabena woƒe nyɔnuwo tsɔ dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o; nenema ke woƒe ŋutsuwo hã gblẽ nyɔnuwo ƒe dzɔdzɔmekɔnu ɖi, eye wofiã le woƒe fiẽŋufiẽŋui me ɖe wo nɔewo ŋu, eye ŋutsu kple ŋutsu wɔ ŋukpenanuwo, eye wokpɔ woƒe vodada ŋuti fetu, si dze wo la, le wo ɖokui ŋu. Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o; amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa; sakplisalawo, ameŋuzɔlawo, amesiwo léa Mawu ɖe lu me, vlodolawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, amesiwo toa nu vɔ̃ɖi vɛ, amesiwo meɖoa to woƒe dzilawo o, ame masenugɔmewo, nubabladzidalawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle kple ame makpɔnublanuiwo; amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.