10 – Nyɔnyrɔxɔxɔ

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Nyɔnyrɔxɔxɔ.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Yohanes 3:5-6

Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye.

Dɔwɔwɔwo 2:38

Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.

Luka 7:29-30

Eye esi dukɔ la katã kple nudzɔlawo see la, wotso afia na Mawu, eye wona wotsɔ Yohanes ƒe mawutsi de ta na wo. Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 61 kpukpuiwo

Mose I 1:2

Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la ŋku me, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi.

Mose V 10:16

Eyata mitso aʋa na miaƒe dziwo, eye migalia ʋume azɔ o.

Psalmowo 51:2

Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!

Psalmowo 51:7

Tsɔ akutsa klɔ nye nuvɔ̃ ɖa, ne ŋunye naɖi; le tsi nam, ne matu tititi wu ɖetifu!

Yesaya 1:16

Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!

Yeremya 4:14

Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?

Xezekiel 36:25-27

Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu. Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi. Maɖe nye gbɔgbɔ mia me, eye mana be, miazɔ ɖe nye ɖoɖowo kple nye sewo nu, ne mialé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.

Mateo 3:5-8

Tete wotso Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Yordan-nutowo katã me godoo va egbɔ. Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ. Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,

Mateo 3:10-12

Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi; amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.

Mateo 3:13-17

Le ɣemaɣi me Yesu tso Galilea va Yohanes gbɔ le Yordantɔsisi la to, bena woade mawutsi ta na ye. Ke Yohanes xe mɔ nɛ gblɔ bena: Nye boŋ wòhiã bena, wò nade mawutsi ta na, eye wòa nèva gbɔnyea? Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ. Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi: eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!

Mateo 21:24-27

Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Nye hã mabia nya ɖeka mi, eye ne miegblɔe nam la, ekema nye hã magblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawo la, na mi: Yohanes ƒe mawutsidedetaname la ɖe, afika wòtso? Tso dziƒo loo, alo tso amewo gbɔ mahã? Ke woawo ke ɖi le wo nɔewo dome bena: Ne miegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne miegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema mievɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene. Eye woɖo eŋu na Yesu bena: Míenye o. Eya hã gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metso wo esiawòe la, na mi o.

Mateo 28:19-20

Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.

Marko 1:4-8

Yohanes va do, amesi de mawutsi ta na amewo le gbeadzi, eye wòɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃keke. Eye amesiwo le Yudea-nyigba dzi, kple Yerusalemtɔwo katã do go va egbɔ, eye wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, esi woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ. Eye kposɔfuwu le Yohanes ŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi, eye woɖua ʋetsuviwo henoa gbemenyitsi. Eye wòɖe gbe ƒã gblɔ bena: Amesi tri akɔ wum la, le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokota ŋu ka medzem be, mabɔbɔ atu o. Nye la metso tsi de mawutsi ta na mi; ke eya la atsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ade mawutsi ta na mi.

Marko 1:9-11

Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me bena, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes de mawutsi ta ne ɖe Yordan-tɔsisi la me. Eye enumake esime wòle go dom tso tsia me la, ekpa dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ la le abe akpakpa ene hele ɖiɖim ɖe edzi; eye gbe ɖi tso dziƒowo bena: Wòe nye vinye, si gbe nyemelɔ̃a nu le o, wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena.

Marko 11:29-33

Eye Yesu gblɔ na wo bena: Nye hã mabia nya ɖeka mi, ne mieɖo eŋu nam la, nye hã magblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi. Yohanes ƒe mawutsidedetaname la ɖe, dziƒo wòtso loo, alo amewo gbɔ wòtso mahã? Miɖo eŋu nam! Eye wòke ɖi le wo nɔewo dome bena: Ne míegblɔ bena: Dziƒo wòtso la, agble bena: Nukaŋuti miexɔ edzi se o mahã? Alo ɖe miagblɔ bena: Amewo gbɔ wotsoa? — Woyɔ dukɔ la; elabena ameawo katã bua Yohanes bena, nyagblɔɖila ŋutɔŋutɔ wònye. Eye woxɔ edzi gblɔ na Yesu bena: Míenyae o. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi o.

Marko 16:15-17

Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã. Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe. Ke dzesi siawo lakplɔ amesiwo xɔe se la ɖo: Le nye ŋkɔ la me wòanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo.

Luka 3:3

Eye wòva Yordan-nutowo katã me godoo hele gbe ƒã ɖem dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃wo ƒe keke;

Luka 3:7-9

Azɔ egblɔ na ameha, siwo do go, bena wòaɖe mawutsi ta na yewo la bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham. Ke wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gɔ̃ hã xoxo; azɔ ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ ɖea dzo me.

Luka 3:12

Eye nudzɔlawo hã va be, wòade mawutsi ta na yewo, eye wogblɔ nɛ bena: Nufiala, nuka wɔ ge míala?

Luka 3:16-17

Yohanes ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la metsɔ tsi de mawutsi ta na mi; ke amesi tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matui o la, eya ŋutɔ gbɔna be, wòatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi; amesi si lugbɔnu le, be wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la ƒu alɔ ɖe eƒe ava me; ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.

Luka 3:21-22

Eye esi wòde mawutsi ta na dukɔ la katã, eye woɖee na Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.

Luka 7:29-30

Eye esi dukɔ la katã kple nudzɔlawo see la, wotso afia na Mawu, eye wona wotsɔ Yohanes ƒe mawutsi de ta na wo. Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui.

Yohanes 1:32-34

Eye Yohanes ɖi ɖase gblɔ bena: Mekpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim tso dziƒo abe akpakpa ene, eye wònɔ edzi. Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be, made mawutsi ta na amewo kple tsi la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nakpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le mawutsi dem ta na amewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la. Eye nye la mekpɔe, eye meɖi ɖase bena, amesia enye Mawuvi la.

Yohanes 3:3-7

Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o. Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia? Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye. Megawɔ mo yaa na wò be, megblɔ na wò bena: Ele be, woadzi mi atso dziƒo o.

Yohanes 3:22-23

Nusiawo megbe la Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Yudea-nyigba dzi, eye wònɔ afima kpli wo, eye wòde mawutsi ta na amewo. Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi geɖe le afima, eye amewo va, eye wona wòde mawutsi ta na wo.

Yohanes 3:25-27

Azɔ nyahehe ɖo Yohanes ƒe nusiawo kple Yudatɔwo dome le ŋutikɔklɔ ŋuti. Eye wova Yohanes gbɔ gblɔ nɛ bena: Rabi, amesi le Yordan godo kpli wò, amesi ŋuti nèɖi ɖase le la, kpɔ ɖa, eya ke le mawutsi dem ta na amewo, eye amewo katã yi egbɔ. Yohanes ɖo ŋu gblɔ bena: Ame mate ŋu axa naneke o, ne menye ɖe wonae tso dziƒo o.

Yohanes 4:1-3

Azɔ esi Yesu nyae bena, farisitɔwo se bena, Yesu le mawutsi dem ta na amewo, eye wòle nusrɔ̃lawo wɔm wu Yohanes la gake Yesu ŋutɔ mede mawutsi ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe, egblẽ Yudea ɖi, eye wògadzo heyina Galilea.

Yohanes 14:15

Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.

Dɔwɔwɔwo 1:4-5

Eye esi eya kpli wo ƒo ƒu la, ede se na wo be, woagadzo le Yerusalem o, ke boŋ woalala Fofo la ƒe ŋugbedodo, si miese tso nunye me; elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na ame; ke miawo la woatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ade mawutsi ta na mi, mele ŋkeke geɖea ɖeke xɔ ge le esia megbe o.

Dɔwɔwɔwo 2:1-4

Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka. Eye kasia gbea ɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Eye aɖe mamãwo ɖo ɖe wo gbɔ lé abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka. Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.

Dɔwɔwɔwo 2:38

Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.

Dɔwɔwɔwo 2:41-43

Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu. Eye wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me. Eye vɔvɔ̃ gã va amewo katã dzi, eye apostolowo wɔ nukunuwo kple dzesi geɖewo le Yerusalem.

Dɔwɔwɔwo 8:12-13

Eye esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyuie gblɔm la dzi se la, wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ke Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye esi wode mawutsi ta ne la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli; eye esi wòkpɔ dzesi kple ŋusẽdɔ gã, siwo wɔm wòle la, kuvia ɖoe.

Dɔwɔwɔwo 8:14-17

Tete la esi apostolo, siwo le Yerusalem la, se bena, Samaria xɔ mawunya la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ; esi amesiawo va la, woɖo gbe ɖa ɖe wo la, bena woaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la. Elabena medze ɖe wo dome amea ɖeke dzi haɖe o; negbe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi ko wode mawutsi ta na wo ɖo. Tete woda asi ɖe wo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la.

Dɔwɔwɔwo 8:36-40

Ke esi wole mɔa dzi heyina la, wova ɖo tsia ɖe gbɔ Eye aƒedzikpɔla la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, tsie nye esi, nuka xe mɔ na nye mawutsidedeta mahã? Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la. Eye wòna woto tasiaɖam la, eye woa kple eve la katã, Filipo kple aƒedzikpɔla la, woɖi ɖe tsi la me, eye wòde mawutsi ta nɛ. Ke esi wodo go le tsia me la, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ la tsɔ Filipo dzoe, eye aƒedzikpɔla la megakpɔe o; elabena edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ. Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.

Dɔwɔwɔwo 9:18

Eye enumake ewɔ abe nanee ge tso eƒe ŋkuwo dzi abe tsrowo ene, eye wògakpɔ nu; eye esi wòtsi tre la, wode mawutsi ta nɛ;

Dɔwɔwɔwo 10:47-48

Tete Petro xɔ dzi gblɔ bena: Alo amea ɖe ate ŋu axe mɔ ɖe tsi be, woagade mawutsi ta na amesiawo, siwo xɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la abe miawo ke ene la o mahã? Eye wòde se be, woade mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me. Eye woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ ŋkekea ɖewo.

Dɔwɔwɔwo 11:16-18

Tete medo ŋku Aƒetɔ ƒe nya la dzi, alesi wògblɔ bena: „Yohanes de mawutsi ta na ame kple tsi, ke miawo la woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la.“ Azɔ ne Mawu tso nenem nunana ma ke na wo, abe alesi wòna mi, amesiwo xa Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se la ene la, nye la ameka menye be, mate ŋu axe mo na Mawua? Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.

Dɔwɔwɔwo 13:23-24

Tso nenem me sia ƒe dzidzime me Mawu tsɔ xɔla Yesu na Israel le ŋugbedodo la nu: le esime Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname fia Israel dukɔ blibo la katã le eƒe vava ŋgɔ.

Dɔwɔwɔwo 16:14-15

Eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Lidia, aɖabɛdzrala tso Tiatira-dua me, amesi vɔ̃a Mawu la, ɖo to, amesi ƒe dzi Aƒetɔ la ʋu bena, wòlé to ɖe nya, siwo gblɔm Paulo le la ŋu. Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.

Dɔwɔwɔwo 16:31-33

Wogblɔ bena: Xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se, eye mia kple aƒewò me míakpɔ ɖeɖe. Eye wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ kple amesiwo katã le eƒe me. Eye wòkplɔ wo le zã ƒe gaƒoƒo ma ke dzi, eye wòklɔ abiawo na wo, eye wode mawutsi ta nɛ kple etɔwo katã enumake.

Dɔwɔwɔwo 18:8

Ke Krispo ƒuƒoƒe la ƒe amegã kple eƒeme katã woxɔ Aƒetɔ la dzi se; eye Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye wode mawutsi ta na wo.

Dɔwɔwɔwo 19:2-6

eye wogblɔ na wo bena: Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la mahã? Eye woɖo ŋu nɛ bena: Míese hã kpɔ bena, Gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe li o. Eye wògblɔ bena: Nuka dzi wode mawutsi ta na mi ɖo? Eye wogblɔ bena: Ɖe Yohanes ƒe mawutsidedetaname la dzi. Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu. Ke esi wose esia la, wode mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi. Eye esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi, eye woƒo nu kple aɖe yeyewo, eye wogblɔ nya ɖi.

Dɔwɔwɔwo 22:16

Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi.

Romatɔwo 6:3-8

Alo ɖe mienyɛ bena, mí amesiwo katã wode mawutsi ta na ɖe Kristo Yesu me la, ɖe eƒe ku mee wode mawutsi ta na mí ɖo o mahã? Eyaŋuti esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakple bene abe alesi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke miawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me. Elabena ne míezu ɖeka kplii hena sɔsɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me; esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o. Elabena amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me. Ke ne mia kple Kristo mieku la, miexɔe se bena, mia kplii mianɔ agbe hã;

Romatɔwo 6:11

Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me.

Romatɔwo 8:10

Ke ne Kristo le mia me la, ekema ŋutilã la ku le nuvɔ̃ ta, gake gbɔgbɔ la enye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti.

Korintotɔwo I 6:11

Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.

Korintotɔwo I 12:13

Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wode mawutsi ta na mí katã le, bena mianye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã.

Korintotɔwo 5:17

Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!

Galatiatɔwo 3:26-27

Elabena mi katã míenye mawuviwo to Kristo Yesu dzixɔxɔse me. Elabena mi ame alesi nu wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo.

Efesotɔwo 2:1

Eye wògba agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me,

Efesotɔwo 2:5-6

egba agbe mi amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo me la, kple Kristo — amenuveve wòtso ɖe mi — eye wòfɔ mi ɖe tsitre kplii, eye wòtsɔ mía kplii ɖo dziƒonutowo me le Kristo Yesu me,

Efesotɔwo 4:4-5

Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka, abe alesi ke woyɔ mi hã le mia yɔyɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka la me ene. Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, mawutsidedeta ɖeka,

Efesotɔwo 5:26-27

bene yeakɔ eŋu, esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me megbe la, bene ye ŋuta natsɔe aɖo tsitre na eɖokui wòanye ŋutikɔkɔehame, si ŋuti ɖiƒoƒoa ɖeke alo ayilélea ɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke naganɔ o, ke boŋ la, bene wòana kokoe, eye mokakaa ɖeke naganɔ eŋuti o;

Kolosetɔwo 2:11-12

amesi me wotso aʋa na mi le hã kple aʋatsotso, si menye asi wotsɔ tsoe o, to ŋutilã ƒe ame blibo la ƒe ɖeɖeɖa me le Kristo ƒe aʋatsotso me, eye woɖi mi kpakplii le mawutsidedetaname me, amesi me wofɔ mi ɖe tsitre hã le to Mawu, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ dzixɔse la me.

Hebritɔwo 6:1-3

Eyata mina miagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti, bene miagaɖo dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzixɔse kple mawutsidedetaname ŋuti nufiafiawo kple asidada ɖe ame dzi kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ƒe gɔme anyi o. Eye míawo esia, ne Mawu ɖe mo.

Hebritɔwo 10:19-22

Azɔ, nɔviwo, esi dzideƒo le mía si, be míayi ɖe kɔkɔeƒe la me to Yesu ƒe ʋu la me, eyae nye mɔ, si ŋuti wokɔ na mí, be wòanye mɔ yeye gbagbe, si to xɔmetsovɔ me, eyae nye eƒe ŋutilã; eye esi nunɔlagã, si le Mawu ƒe aƒe nu la, le mia si ŋuti la, mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;

Petro I 1:22-23

Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me. Elabena wogbugbɔ mi dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si noa anyi tegbetegbe la me.

Petro I 3:21

nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,

Nyaɖeɖefia 22:14

Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net