09 – Dzimetɔtrɔ

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Dzimetɔtrɔ.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Luka 13:5

Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.

Marko 9:43-44

Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.

Petro II 3:9

Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 517 kpukpuiwo

Mose I 2:16-17

Eye Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: Ɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ la, megaɖu eya ƒe tsetsea ɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.

Mose I 17:1

Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!

Mose II 20:20

Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, elabena Mawu ɖe wòva mia do ge akpɔ, bena vɔvɔ̃ nanɔ eŋu le mia dome, ne miagawɔ nuvɔ̃ o.

Mose II 32:26

Mose tsi tre ɖe asaɖa la ƒe agbo nu gblɔ bena: Amesi ke le Yehowa dzi, neva gbɔnye afi! Tete Lewi-viwo katã ƒo ƒu va egbɔ.

Mose III 1:4

Eye woatso eƒe asi aɖo numevɔsalã la ƒe tame, ekema ana wòadze eŋu, eye wòalé avui.

Mose III 5:5

Eya dzɔ, ne amea ɖe ɖi fɔ le nusiawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòaʋu vo, si wòda la me,

Mose III 6:7

Ale nunɔla la alé avu nɛ le Yehowa ƒe ŋku me, eye woatsɔ nusianu, si wòwɔ heɖi to la, akee.

Mose III 16:16

Eye wòaɖe nuvɔ̃ ɖa le kɔkɔeƒe la ŋu le Israel-viwo ƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo kple vo, siwo woda hewɔ nuvɔ̃ la ta; eye alea wòawɔ Mawu ƒe agbadɔ, si le wo gbɔ le woƒe nu makɔmakɔ wɔwɔwo dome la hãe.

Mose III 16:30

Elabena gbemagbe wolé avu na mi, bena woakɔ mia ŋu; azɔ nuvɔ̃wo katã kɔ le mia ŋu le Yehowa ŋku me.

Mose III 17:11

Elabena agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui, elabena agbe le eme.

Mose III 20:7

Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Mose III 23:28-29

Miawɔ dɔa ɖeke le ŋkeke sia dzi o, elabena avulégbee, bena woalé avu na mi le Yehowa, mia Mawu ŋku me. Ne amea ɖe metsi nu ɖɔ le ŋkeke sia dzi o la, woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome,

Mose III 26:40

Emegbe ne woaʋu woawo ŋutɔ kple wo fofowo ƒe vo, si woda hewɔ nuvɔ̃, eye wotsi tre ɖe ŋunye,

Mose IV 5:6

Gblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe da vo ɖe amea ɖe ŋu, eye meɖi anukware na Yehowa o la, ekema ame la ɖi fɔ.

Mose IV 21:7

Tete dukɔ la va Mose gbɔ gblɔ bena: Míewɔ nuvɔ̃ be, mieƒo nu le mia kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa, bena wòaɖe dawo ɖa le mía dome. Eye Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta.

Mose V 4:29-31

Ne miedi Yehowa, mia Mawu, le afima la, míakpɔe, nenye be, miedi eyome mɔ tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me ko. Ne nu siawo katã va dziwò le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me, eye nèɖo xaxa me la, ekema atrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye aɖo to eƒe gbe; elabena Yehowa, wò Mawu la, Mawu nublanuikpɔla wònye, maɖe asi le ŋuwò alo agblẽ wò o, eye maŋlɔ nubabla, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo la be o.

Mose V 5:32

Milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mi ene, eye migadze ɖe ɖusi alo mia me o;

Mose V 6:5-9

Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ. Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome; ŋlɔ wo ɖe wò xɔ ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo nu.

Mose V 6:13

Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, eye natsɔ eƒe ŋkɔ aka atame.

Mose V 7:4-6

elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatsrɔ̃ mi amloamlo. Ke boŋ ale miawɔ wo enye si; Mimũ woƒe vɔsamlekpuiwo, eye migbã woƒe legbawo, milé woƒe Asera-tiwo ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo. Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la; Yehowa, wò Mawu, tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, bena nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.

Mose V 18:13

Ku ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu blibo.

Mose V 30:6

Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:15

Ke Israel-viwo gblɔ na Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃, eyata wɔ mí, alesi dze ŋuwò; ke ɖe mí fifia ko!

Samuel II 22:24

Mede blibo le eƒe ŋku me, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nye vodada ŋuti.

Samuel II 24:10

Tete Dawid ƒe dzi lã kpo, esime wòxlẽ dukɔ la vɔ megbe, eye Dawid gblɔ na Yehowa bena: Mewɔ nuvɔ̃ ŋutɔ be, mewɔ nusia; eyata Yehowa, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa, elabena mewɔ lãnu ŋutɔ.

Fiawo I 8:23

gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mele abe wò ene le dziƒo afime kple anyigba dzi afi o; èdzra nubabla kple amenuveve ɖo na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple woƒe dzi blibo.

Fiawo I 8:38-39

eye amea ɖe alo wò dukɔ Israel blibo la dze si fuɖename, si le eƒe dzi me, eye wòdo gbe ɖa heƒo koko, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe xɔ sia dzi la, ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, wɔ edzi, eye nawɔ na amesiame le eƒe zɔzɔwo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzi mee ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo katã ƒe dzi me;

Kronika I 16:23

Anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa; miɖe gbe ƒã eƒe xɔxɔ la gbawotsyogbe!

Kronika I 28:9

Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.

Kronika II 6:36-39

Ne wowɔ nuvɔ̃ de ŋuwò, — elabena amegbetɔa ɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o — eye nedo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hetsɔ wo de asi na lu towo, eye woɖe aboyo wo yi woƒe anyigba dzi, eɖanye kpuiƒe alo didiƒe o, eye woyi ta me le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yi, eye wotrɔ heƒo koko na wò le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yi la dzi, hegblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, mieda vo, eye miewɔ nu vlo, eye wotrɔ de ŋuwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yii, eye woado gbe ɖa aɖo ɖe anyigba, si nètsɔ na wo fofowo, kple du, si netia, kpakple xɔ, si metu na wò ŋkɔ dzi la, ekema nase woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le nɔwòƒe le dziƒo, eye natso na wo, eye tsɔ nuvɔ̃, si wowɔ ɖe ŋuwò la, ke wò dukɔ la.

Kronika II 7:12-15

Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le zã me gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa, eye metia teƒe sia wo nye vosaƒe. Ne mexe dziƒo nu, eye tsi megale dzadzam o, ne medo ʋetsuviwo ɖa, be woaɖu anyigba la, ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe nye dukɔ la dome, eye nye dukɔ, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, bɔbɔ eɖokui, wodo gbe ɖa, eye wodi nye ŋku me, eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, ekema masee le dziƒo, eye matsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye mayɔ dɔ woƒe anyigba la. Azɔ nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu, eye nye towo anɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu.

Kronika II 15:12

Eye woge ɖe nubabla me, be yewoadi Yehowa, yewo fofowo ƒe Mawu la, tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.

Ezra 9:3-5

Esi mese nya siawo la, medze nye awuwo kple nye awu ʋlaya, mekaka nye taɖa kple nye ge, eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to. Eye amesiwo katã vɔvɔ̃ ɖo le Israel ƒe Mawu ƒe nya, siwo wògblɔ ɖe aboyomeawo ƒe nu tovo wɔwɔ ŋu la, kpe ta ɖe gbɔnye, eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to, vaseɖe esime fiẽnuɖuvɔsaɣi ɖo. Eye esi wole fiẽnuɖuvɔ sam la, metsi tre tso nye nuxaxa me, eye nye awu kple nye awu ʋlaya la dzedze, eye medze klo heke nye abɔwo me na Yehowa, nye Mawu la,

Ezra 10:1

Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.

Nexemya 1:4-7

Esi mese nya siawo la, mebɔbɔ nɔ anyi hefa avi, eye mexa nu, ŋkeke geɖe, metsi nu da, eye medo gbe ɖa le dziƒo Mawu la ŋku me gblɔ bena: Ao, Yehowa, dziƒo Mawu, wò Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, amesi lea nubabla kple amenuveve me de asi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe seawo me ɖe asi la, ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃. Míewɔ nu gbegblẽ de ŋuwò, eye míewɔ se, ɖoɖo kple kɔnu, siwo nede asi na wò dɔla Mose la dzi o.

Nexemya 10:28-29

Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la, wokpe ɖe wo nɔvi, siwo nyee bubumewo la ŋu, eye wota nu heka atam be, yewoazɔ ɖe Mawu ƒe se, si woɖe to Mawu ƒe dɔla Mose dzi la nu, eye yewoalé Yehowa, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye yiewoawɔ wo dzi.

Hiob 13:23-24

Vodada kple nuvɔ̃ nenie le ŋunye? Na manya nye dzidadawo kple nye nuvɔ̃wo! Nukaŋuti nèɣla wò ŋku me dem, eye nèle buyem wò futɔe?

Hiob 19:26

Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu.

Hiob 31:6

ekema nedam le nudanu nyuitɔ dzi, eye Mawu nadze si nye fɔmaɖimaɖi.

Hiob 33:27-28

Adzi ha na amewo agblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, eye metrɔ gbo nu dzɔdzɔe la, ke womeɖo eteƒe nam o. Eɖe nye luʋɔ, ale be meyi yɔ me o, eye nye agbe kpɔ dzidzɔ le kekeli ŋu.

Hiob 42:5-6

Wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò. Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.

Psalmowo 4:3

Ke mínyae be, Yehowa tia mawumeme na eɖokui! Yehowa senɛ, ne meyɔe.

Psalmowo 9:7-8

Ke Yehowa li tegbee, eye wodo eƒe fiazikpui anyi gli de ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu. Adrɔ̃ ʋɔnu xexeame godoo ɖe eteƒe, eye wòatso afia dzɔdzɔe na anyigba dzi dukɔwo.

Psalmowo 9:10

Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, megblẽa amesiwo dia yowòme mɔ la ɖi o.

Psalmowo 13:5

Ne nye futɔ magagblɔ be: „Mede enu“ o, eye nye ketɔ matso aseye, le esi ke ɖe le tenye ta o!

Psalmowo 18:23

Fɔɖiɖia ɖeke mele ŋunye le eŋku me o, eye mekpɔ ɖokuinye dzi ɖe nuvɔ̃ ŋu.

Psalmowo 25:5

Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi.

Psalmowo 25:7

Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!

Psalmowo 25:18

Kpɔ nye nuxaxa kple nye hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem!

Psalmowo 29:2

Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu bubu nɛ; mide ta agu na Yehowa le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me

Psalmowo 31:5

Metsɔ nye gbɔgbɔ le asiwò me dem; Yehowa, eɖem, wò Mawu nuteƒetɔ.

Psalmowo 32:1

Dawid ƒe nufiameha. Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyó nui.

Psalmowo 32:5

Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.

Psalmowo 33:8

Anyigba blibo le nevɔ̃ Yehowa; xexemetɔwo katã nesi eƒe ŋku me!

Psalmowo 34:15-18

Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu. Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi. Wodo ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo katã me. Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.

Psalmowo 34:22

Yehowa neɖe eƒe dɔlawo ƒe luʋɔ, eye amesiwo katã sii tso la, womakpɔ woƒe dzidada tɔ nua o.

Psalmowo 38:18

Elabena meɖe nye vodadawo fia, eye metsi dzi le nye nuvɔ̃wo ta.

Psalmowo 41:4

Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!

Psalmowo 51:1-4

Dawid ƒe ha na henɔ la, esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ. Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanui-kpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa! Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me! Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me daa? Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nusi nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ, ne tɔwò nadzɔ le wò nuƒoƒo me, eye ŋuwò nadza le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ me.

Psalmowo 51:7

Tsɔ akutsa klɔ nye nuvɔ̃ ɖa, ne ŋunye naɖi; le tsi nam, ne matu tititi wu ɖetifu!

Psalmowo 51:9-11

Ɣla wò mo ɖe nuvɔ̃nyewo, eye tutu nye vodadawo katã ɖa! Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye! Megatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!

Psalmowo 69:5

Mawu, enya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖiwo meɣla ɖe wò o.

Psalmowo 74:12

Ke Mawue nye fianye tso blema ke, amesi wɔ xɔnamedɔwo le anyigba dzi.

Psalmowo 78:10

womelé Mawu ƒe nubabla la me de asi o, eye wogbe zɔzɔ de eƒe seawo nu,

Psalmowo 79:8-9

Megaɖi tsãtɔwo ƒe vodadawo na mí o! Netsɔ, nakpɔ nublanui na mí, elabena míegbɔdzɔ ŋutɔ! Mía xɔname ƒe Mawu, xɔ na mi le wò ŋkɔ ƒe bubu la ta; ɖe mí, eye natsɔ mía nuvɔ̃wo ke mí le wò ŋkɔ la ta!

Psalmowo 86:5

Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.

Psalmowo 103:8

Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi.

Psalmowo 103:10-12

Mewɔna na mi de míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o. Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu se de amesiwo vɔ̃nɛ la dzii. Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetodoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo da boo tso mía gbɔe.

Psalmowo 103:17-19

Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo, na amesiwo léa eƒe nubabla me ɖe asi, eye woɖoa ŋu eƒe seawo, ne woawo wo dzi. Yehowa li eƒe fiazikpui de dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.

Psalmowo 106:6

Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.

Psalmowo 111:10

Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; amesiwo katã léa eme la, gɔmesese nyui sua wo si; eƒe kafukafu li tegbee.

Psalmowo 115:1

Menye míawo o, Yehowa, menye míawo ŋu nade bubui o, ke boŋ wò ŋkɔ la ŋue le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta!

Psalmowo 119:1-3

Woayra amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, amesiwo zɔna le Yehowa ƒe se la me. Woayra amesiwo wɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi, amesiwo dinɛ tso dzi blibo me; womewɔa nu vɔ̃ɖia ɖeke hã o, eye wozɔa eƒe mɔwo dzi.

Psalmowo 119:11

Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.

Psalmowo 119:136

Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta.

Psalmowo 130:7

Israel, kpɔ mɔ na Yehowa, elabena amenuveve geɖe le Yehowa si, eye ɖeɖe bɔ ɖe esi!

Psalmowo 147:11

Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.

Lododowo 1:7

Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.

Lododowo 3:5-7

Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o, vɔ̃ Yehowa, eye natsri va;

Lododowo 4:14-15

Megage ɖe ame vɔɖiwo toƒe o, eye megazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi o. Ɖe kɔ ɖa le eŋu, eye megato edzi o; dze le eŋu, eye nato eŋu ayi

Lododowo 8:13

Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.

Lododowo 28:9

Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.

Lododowo 28:13-14

Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu. Woayra ŋutsu, si le vɔvɔ̃ dzi daa, ke amesi sẽ eƒe dzi me goŋgoŋ la, adze dzɔgbevɔ̃e me.

Nyagblɔla 7:20

Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.

Nyagblɔla 12:13-14

Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ! Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.

Yesaya 1:16

Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!

Yesaya 1:18

Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.

Yesaya 5:20-21

Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotso kekeli wo vivitii, amesiwo tsoa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wo vevee! Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me.

Yesaya 6:7

eye wòtsɔe lili nu nam gblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia ka nuyi ŋu na wo, wò vodadawo ɖe ɖa, eye wòlé avu wò nuvɔ̃wo.

Yesaya 42:6

Nye Yehowa ye yɔ wò le dzɔdzɔenyenye me, melé wò alɔnu, eye mekpɔ tawò, eye metsɔ wò wɔ nubabla na dukɔ la kple kekeli na anyigba dzi dukɔwo,

Yesaya 43:25-26

Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o. Do ŋku edzi nam, na míahe nya kple mia nɔewo; to wò nyawo, ne towo nadzɔ.

Yesaya 44:22-23

Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò. Mi dziƒowo, mitso aseye, elabena Yehowa wɔe wòde go! Mi anyigba ƒe agunuwo, mido aƒa! Mi towo, avewo kple wo me nuwo katã, mitso aseye hoo, elabena Yehowa ɖe Yakob, eye wòdo kɔkɔe eɖokui ɖe Israel ŋu.

Yesaya 45:21-22

Migblɔe, eye mihee vɛ, woade adaŋu kple wo nɔewo. Ameka na wose nusiawo gbaɖegbe ke, eye wògblɔe tso blema ke? Nye Yehowa ye, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o! Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o.

Yesaya 51:11

Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.

Yesaya 53:5-6

Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí. Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.

Yesaya 55:6-9

Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wotsɔ kpui ƒe. Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe. Elabena Yehowa be: Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o; ke boŋ alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mawo kple nye susuwo wu miaƒe susuwòe.

Yesaya 57:15

Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.

Yesaya 61:1-3

Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe; maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne mafa akɔ na konyifalawo katã; ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.

Yesaya 64:6

Mí katã miele abe ame makɔmakɔwo ene, eye miaƒe dzɔdzɔenyenyewo katã le abe avɔ, si ƒo ʋu ene; mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe vodadawo lɔ mí ɖe nu abe ya ene.

Yesaya 66:2

Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.

Yeremya 3:13

Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese.

Yeremya 3:25

Míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi; elabena mia kple mía fofowo míewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu tso míaƒe ɖevime vaseɖe egbe, eye míeɖo to Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe o.

Yeremya 4:14

Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?

Yeremya 6:19

Anyigba, see! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi wòanye woƒe tamesusuwo ƒe kutsetse, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la.

Yeremya 8:6

Meƒu to anyi, eye mese be, womelé nu ƒom ɖe eteƒe o; amea ɖeke meli, si eƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ venɛ wògblɔna be: Nuka nye esi mehewɔ hã o! Amesiame lé eƒe ma abe so, si lu ɖe aʋa me ene.

Yeremya 9:13-14

Yehowa be: Esi wogblẽ nye se, si metsɔ ɖo wo ŋku me la ɖi, womeɖo to nye gbe o, eye womezɔ ɖe enu o, ke boŋ wodze woƒe dziwo ƒe tamesesẽ kple Baalwo yome, abe alesi wo fofowo fia wo ene la,

Yeremya 14:7

Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.

Yeremya 14:20

Yehowa, míedze si miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple mía fofowo ƒe vodadawo be, miewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò.

Yeremya 17:14

Yehowa, yɔ dɔm, ne mahaya, xɔ nam, ne woaɖem, elabena wòe nye nye kafukafu.

Yeremya 24:7

Mana dzi wo, ne woatsɔ adze sim be, nyee nye Yehowa; woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo, nenye be wotrɔ ɖe ŋunye tso woƒe dzi blibo me.

Konyifahawo 3:22-23

Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o; ke boŋ ete yeye ŋɖi sia ŋɖi, eye wò amenuveve tri akɔ!

Konyifahawo 5:15-17

Míaƒe dzidzɔ nu tso, míaƒe ɣeɖuɖu zu nuxaxa. Míaƒe fiakuku ge le mía ta. Baba na mí be, míewɔ nuvɔ̃! Eyata míaƒe dzi le nu xam, eye míaƒe ŋkuwo zu vi

Xezekiel 18:4

Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.

Xezekiel 18:20

Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi.

Xezekiel 18:21-23

Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna la me, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewoa nu dzodzoe kple nusi le eteƒe la, ana agbe, maku o. Womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o, ke boŋ ana agbe le eƒe nu dzodzoe, siwo wòwɔna la ta. Aƒetɔ Yehowa be: Ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea? negbe ne etrɔ tso eƒe mɔwo dzi, be wòanɔ agbe la koe!

Xezekiel 18:24

Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo.

Xezekiel 18:25

Ke miele gbɔgblɔm be: „Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o.“ Israel ƒe aƒe, misee: Nye nuwɔnae mele eteƒe oa? Ɖe menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa?

Xezekiel 18:26

Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔa nu gbegblẽ la, aku ɖe esia ta; eƒe nu gbegblẽ, si wòwɔna la tae wòaku ɖo.

Xezekiel 18:27-28

Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi, si wòwɔ ŋu hewɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, axɔ eƒe luʋɔ ɖe agbe. Eye ne edze sii, eye wòɖe asi le eƒe dzi, siwo katã wòda ŋu la, anɔ agbe, maku o.

Xezekiel 18:29

Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be: „Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o.“ Israel ƒe aƒe, nye nuwɔnae mele eteƒe oa? De menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa?

Xezekiel 18:30-32

Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mia dome amesiame ɖe eƒe zɔzɔme nu. Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋu, miɖe asi le wo ŋu, ne vodadawo maganye mɔ̃ na mi o! Miɖe miaƒe dzi, siwo katã mieda ɖe ŋunye la ɖa, eye miwɔ dzi yeye kple gbɔgbɔ yeye na mia ɖokui. Israel ƒe aƒe, nukaŋuti miehe, yewoaku? Aƒetɔ Yehowa be: Elabena ame ƒe ku mevivia nunye o. Eyata mitrɔ ta me, ne mianɔ agbe!

Xezekiel 20:43

Míado ŋu miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo katã, siwo mietsɔ gblẽ ko ɖo na mia ɖokui la, le afima, eye miava ŋu nyo ge na mia ɖokui le nu vɔ̃ɖi, siwo katã miewɔ la ta.

Xezekiel 33:18-19

Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, esia tae wòaku ɖo. Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu hewɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, esia tae wòana agbe ɖo.

Xezekiel 36:25-26

Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu. Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi.

Daniel 9:3-6

Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko, Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi! Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo. Míegbe toɖoɖo wò dɔla nyagblɔɖilawo, amesiwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, mía fofowo kple dukɔ hahoo la katã.

Daniel 9:8

Aƒetɔ, mía kple míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo kple mía fofowo, mí amesiwo wɔ nuvɔ̃ de ŋuwò la, mía tɔe nye ŋukpe.

Daniel 9:9-10

Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu, míese Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe, ne míazɔ de eƒe nufiame, siwo wode asi na mí to eƒe dɔla nyagblɔɖilawo dzi la nu o.

Daniel 9:20

Esi megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔ̃wo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le koko ƒom na Yehowa, nye Mawu la, ɖe nye Mawu ƒe to kɔkɔe la ta,

Daniel 12:2

Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.

Hosea 14:1

Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.

Yoel 2:12-13

Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye! Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.

Yoel 3:14

Amehawo kplɔ amehawo ɖo gbɔna nyametsobali la me; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe le nyametsobali me la,

Yona 3:5-10

Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi. Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me. Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o, ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti. Amea ɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be miatsrɔ̃ o hĩ! Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.

Mixa 7:9

Mado dzi atsɔ Yehowa ƒe dziku, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, vaseɖe esime wòadrɔ̃ nye nya ahatso nam; akplɔm aɖo ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋku.

Mixa 7:18-19

Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò. Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.

Mateo 1:21

Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.

Mateo 3:2

le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.

Mateo 3:5-6

Tete wotso Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Yordan-nutowo katã me godoo va egbɔ. Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.

Mateo 3:7-8

Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,

Mateo 3:10-12

Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi; amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.

Mateo 3:13-15

Le ɣemaɣi me Yesu tso Galilea va Yohanes gbɔ le Yordantɔsisi la to, bena woade mawutsi ta na ye. Ke Yohanes xe mɔ nɛ gblɔ bena: Nye boŋ wòhiã bena, wò nade mawutsi ta na, eye wòa nèva gbɔnyea? Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.

Mateo 4:16-17

dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gãa ɖe, eye amesiwo na ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.“ Tso ekema dzi la Yesu de asi gbeƒãdeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!

Mateo 5:3-10

Woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na. Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome. Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo. Woayra amesiwo le nublanui kpam na amewo la: elabena woawoe woakpɔ nublanui na. Woayra amesiwo dza le woƒe dzi me la: elabena woawoe akpɔ Mawu. Woayra amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo. Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.

Mateo 5:18-20

Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o. Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me. Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.

Mateo 5:29-30

Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dome ɖeka nagblẽ, wu esi woatsɔ wò ame blibo la katã aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. Eye ne wò nuɖusi ɖia nu wò la, lae ɖa le ŋutiwò, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka nagblẽ, wu esi wò ame blibo la katã nagblẽ le dzomavɔʋe la me.

Mateo 5:48

Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.

Mateo 6:9-13

Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí! Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene! Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.

Mateo 6:14-15

Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã. Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.

Mateo 6:22-23

Ame blibo la ƒe akaɖi enye ŋku; ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ. Ke ne ŋku vɔ̃ li na wò la, wò ame blibo la katã me lado viviti. Azɔ ne kekeli, si le mewo la, zu viviti la, aleke viviti ŋutɔ lahasɔ gbɔe!

Mateo 6:24

Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.

Mateo 6:33

Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.

Mateo 7:13-14

Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mo la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.

Mateo 7:17-20

Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ale manyomanyo tsea ku manyomanyo. Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si wòe!

Mateo 7:21-23

Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!

Mateo 10:22

Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.

Mateo 10:28

Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.

Mateo 10:32-33

Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me; ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.

Mateo 10:37-39

Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o. Eye amesi ke metsɔ eƒe atitsoga ɖo eɖokui dzi dze yonyeme o la, eya medzem o. Amesi ke ɖe eƒe agbe la, eya labui; eye amesi ke bu eƒe agbe le tanye la, eya lakpɔe.

Mateo 11:20

Tete la wòde asi nyahehe me ɖe du, siwo me wòwɔ eƒe ŋusẽdɔ geɖewo wu le la ŋuti, elabena wometrɔ le woƒe dzi me o.

Mateo 15:19

Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.

Mateo 16:26

Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

Mateo 18:3

Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.

Mateo 18:6

ke amesi ke laɖia nenem ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ bena, woatsɔ té atsi ɖe ko nɛ, eye woatsɔe aɖa ɖe ƒu ƒe gogloƒe, be wòano tsi aku.

Mateo 18:8-9

Ke ne wò asi alo wò afɔ ɖia nuwò la, lae ɖa, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo alo abɔkpo wu esi aba eve alo afɔ eve anɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me. Eye ne wò ŋku ɖia nuwò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka, wui esi ŋku eve nana asiwò, eye woatso wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.

Mateo 18:21-22

Tete Petro va egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã? Halase zi adre loo? Yesu gblɔ nɛ bena: Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi adre teƒe blaadre.

Mateo 18:35

Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.

Mateo 19:29

Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.

Mateo 20:28

abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.

Mateo 21:32

Elabena Yohanes va mia gbɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi, eye miexɔ eyama dzi se o; ke nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo xɔ edzi se; gake miawo la, esi miekpɔe la, mietrɔ miaƒe tame emegbe bena, miaxɔ edzi ase o.

Mateo 22:11-14

Ke esi fia la va kplɔ̃ŋutinɔlawo kpɔ ge ɖa la, ekpɔ amea ɖe le afima, si medo srɔɖewu o; eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te. Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ. Elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ; ke ame ʋeewo nye amesiwo wotia.

Mateo 22:37-40

Eye wògblɔ nɛ bena: „Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.“ Esia enye se gbãtɔ, si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“ Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.

Mateo 24:13

Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.

Mateo 25:1-12

Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃. Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo. Elabena abunetɔwo la wotsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o; ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. Eye esi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi la, wo katã wodɔ akɔlɔ̃e, eye wodɔ alɔ. Ke le zãtitina lã ɣli ɖi bena: Kpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna! Miɖo go yi ɖakpee! Tete ɖetugbi kemawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo. Eye abunetɔwo gblɔ na aɖaŋudzelawo bena: Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena miaƒe akaɖiwo le tsitsim. Ke aɖaŋudzelawo xɔ edzi gblɔ bena: O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o, miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui. Ke esi woyi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la. Emegbe la ɖetugbi mamleawo hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋui na mí! Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mí o.

Mateo 25:31-46

Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsa gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me. Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome! Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ. Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye. Tete ame dzɔdzɔeawo axɔ edzi ne agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbee míekpɔ bena, da le wuwòm, eye míenyi wò, alo tsikɔ le wuwòm, eye miena tsi wò mahã? Gbekagbe míekpɔ wò nènye amedzro, eye míexɔ wò nèdze mía gbɔ, alo amama, eye míedo awu na wò mahã? Alo gbekagbe míekpɔ bena, wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa mahã? Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na. Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me! Elabena da wum, eye miena nuɖuɖum o; tsikɔ wum, eya miena tsim o; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o. Tete woawo hã woaxɔ edzi nɛ agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbe míekpɔ wò bena, da le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o mahã? Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o. Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.

Mateo 26:28

elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la ta, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.

Mateo 26:41

Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.

Mateo 27:50-51

Eye Yesu gado ɣli kple gbe sesĩe, eye wòtso eƒe gbɔgbɔ la hena. Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,

Mateo 28:19

Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,

Marko 1:4-5

Yohanes va do, amesi de mawutsi ta na amewo le gbeadzi, eye wòɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃keke. Eye amesiwo le Yudea-nyigba dzi, kple Yerusalemtɔwo katã do go va egbɔ, eye wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, esi woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.

Marko 1:15

Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vo. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixa nyanyuie la dzi se!

Marko 6:11-12

Eye teƒe, si womexɔ mi le o, alo womeɖo to mi le o la, ne miele dzodzo ge le afima la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la abe du ma ene o. Eye esi wodo go yi la, wode gbe ƒã bena, woatrɔ le woƒe dzi me.

Marko 7:20-23

Eye wògblɔ bena: Nusi ke doa go tsoa ame me la, eya ƒoa ɖi ame. Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ; nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tsoa eme ke, eye woƒoa ɖi ame.

Marko 8:34-37

Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme. Elabena amesi ke di be, yeade yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi atsrɔ̃ eƒe agbe le nye kple nyanyuie la ŋuti la, aɖee. Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

Marko 8:38

Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.

Marko 9:43-44

Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.

Marko 9:45-46

Ke ne wò afɔ ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò be, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afa eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.

Marko 9:47-48

Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme; enyo na wò bena, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu esi ŋku eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.

Marko 10:15

Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.

Marko 10:45

Elabena Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.

Marko 11:25

Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.

Marko 11:26

Ke ne mietsɔe ke o la, ekema mia Fofo, si le dziƒowo la, matsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi o.

Marko 13:13

Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.

Marko 14:24

Eye wògblɔ na wo bena; Esia nye nye nubabla yeye ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.

Marko 14:36

Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko.

Marko 14:38

Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o! Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.

Marko 16:16

Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.

Luka 1:50

Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ.

Luka 1:75

le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me, miaƒe ŋkekewo katã le eƒe ŋku me.

Luka 1:77

be nana xɔxɔ ƒe nyanya le woƒe nuvɔ̃tsɔtsɔke me

Luka 3:3

Eye wòva Yordan-nutowo katã me godoo hele gbe ƒã ɖem dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃wo ƒe keke;

Luka 3:7-9

Azɔ egblɔ na ameha, siwo do go, bena wòaɖe mawutsi ta na yewo la bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham. Ke wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gɔ̃ hã xoxo; azɔ ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ ɖea dzo me.

Luka 3:12

Eye nudzɔlawo hã va be, wòade mawutsi ta na yewo, eye wogblɔ nɛ bena: Nufiala, nuka wɔ ge míala?

Luka 3:21

Eye esi wòde mawutsi ta na dukɔ la katã, eye woɖee na Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu,

Luka 4:18

Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,

Luka 5:8

Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.

Luka 6:36-37

Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene. Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu;

Luka 7:30

Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui.

Luka 7:46-48

Mesi ami ɖe ta nam o; ke eya la tsɔ ami hesi ɖe nye afɔwo ŋuti. Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wolɔ̃na. Eye wògblɔ nɛ bena: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!

Luka 9:23-25

Eye wògblɔ na wo katã bena: Ne amea ɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme. Elabena amesi ke ɖi bena, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔe, ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, aɖee. Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, eye woatsrɔ̃, alo wòabu ye ŋutɔ ɖokui mahã?

Luka 9:26

Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.

Luka 9:62

Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi tsɔ eƒe asi ɖa ɖe kodzi dzi, eye wogale megbe kpɔm la, medze mawufiaɖuƒe la o.

Luka 11:2-4

Eye wògblɔ bena: Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ bena: Mía Fofo, si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Na miaƒe abolo, si asu mia nu gbesiagbe la mi! Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!

Luka 12:8-9

Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me; ke amesi ke gbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me.

Luka 13:2-5

Eye wòxɔ dzi gblɔ na wo bena: Ɖe miesusu bena, Galileatɔ siawo nye nuvɔ̃wɔlawo wu Galileatɔwo katã, elabena wokpe fu siawo mahã? Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke. Alo ame wuienyi ma, siwo dzi Siloamɔ̃ mu dze, eye wowu wo la, ɖe miesusu bena, woawoe nye tenyilawo wu amesiwo katã no Yerusalem mahã? Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.

Luka 15:7

Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.

Luka 15:10

Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.

Luka 15:11-32

Eye wògblɔ bena: Ŋutsuvi eve le amea ɖe si; eye wo dome ɖevitɔ gblɔ na fofoa bena: Fofo, tsa nuawo ƒe akpa, si nye tɔnye la nam. Eye wòmã nuawo me na wo. Eye mede ŋkeke geɖea ɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye woʋu heyi anyigba didia ɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖabaɖa nɔnɔ. Ke esi wògblẽ wo katã vɔ la, dɔwuame sesẽa ɖe va anyigba ma katã dzi, eye hiã de asi etutu me. Eye wòyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe anyigba ma ƒe dumetɔa ɖe ŋu, eye wòdɔe ɖe eƒe abɔ me, be wòanyi hawo. Eye wòdi be, yeatsɔ akanyi, si hawo ɖuna la, ade yeƒe dɔ me, ke amea ɖeke menae a: Ke, esi wòyi eɖokui me la, egblɔ bena: Fofonye ƒe agbatedɔwɔla nenie kpɔ abolo sɔ gbɔ, ke nye la mele tsɔtsrɔ̃m le dɔwuame ta. Matsi tre, eye mayi fofonye gbɔ, eye magblɔ nɛ bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò. Nyemegadze be, nayɔm be viwò o; wɔm abe wò dɔlawo dometɔ ɖeka ene. Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ. Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o. Ke fofoa gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be miado nɛ, eye miɖe asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo; eye milé nyivi dami la ve, miwui, eye mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ; elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me. Ke viaŋutsuvi xoxoetɔ le agble me; eye esi wòva tu aƒe la, ese saŋkuɖiɖi kple ɣeɖuɖu. Eye wòyɔ dɔlawo dometɔ ɖeka va egbɔ, eye wòbiae bena: Nukawo nye nu siawo mahã? Eye wògblɔ ne bena: Nɔviwò va, eye fofowò wu nyivi dami; elabena egakpɔe dedie. Eye wòbi dzi, eye melɔ̃ be, yeayi ɖe aƒea me o. Ke fofoa ɖo go va ɖe kuku ne. Eye wòɖo ŋu gblɔ na fofoa bena: Kpɔ ɖa, nenem ƒe geɖe siawo mesubɔ wò, eye nyemeda wò seawo dzi kpɔ o, ke nye la mena gbɔ̃ tatam kpɔ bena, mía kple xɔ̃nyewo míakpɔ dzidzɔ o: ke esi viwòŋutsuvi sia, si gblẽ wò nuwo kple nyɔnu wɔahasiwo la, va ko la, nèwu nyivi dami nɛ. Eye wògblɔ nɛ bena: Vinye, wò la èle gbɔnye ɣesiaɣi, eye nusiwo katã nye tanye la, tɔwòe. Ke ele be, dzi nadza wò; elabena nɔviwò sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.

Luka 16:30-31

Eye wògbɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne amea ɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, wòatrɔ le woƒe dziwo me. Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.

Luka 17:3-4

Mikpɔ mia ɖokui dzi! Ne nɔviwò wo nuvɔ̃ la, ka ŋku me nɛ; eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee. Eye ne ewo nuvɔ̃ ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wògatrɔ zi adre va ɖe kuku na wò la, tsoe kee.

Luka 18:13

Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!

Luka 19:10

Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.

Luka 22:19-20

Eye esi wòtsɔ abolo ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi, eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta: miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye. Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si woka ɖe anyi le mia ta.

Luka 22:40

Ke esi wòɖo teƒea la, egblɔ na wo bena: Mido gbe ɖa bena, miagadze tetekpɔa me o.

Luka 22:42

Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tsiwo woawɔ.

Luka 23:39-43

Eye vɔ̃wɔla, siwo wohe ɖe ati ŋuti la, dometɔ ɖeka hã gblɔ busunya ɖe eŋu bena: De menye wòe nye Kristo la oa, ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò kple miawo hã. Tete ekeme xɔ edzi hewo ɖe eta gblɔ bena: Alo wò hã, esi nèle fɔbubu ma ke me la, ɖe meva Mawu oa? Ke miawo la edze mi: elabena nusi dze míaƒe nuwɔwɔwo la, eya kpɔm miele; ke amesia la mewo nu tovoa ɖeke kpɔ o. Eye wògblɔ bena: Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne eva ɖo wò fiaɖuƒe la me. Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Egbea ke nana Paradiso la me kplim.

Luka 24:46-47

eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe; eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.

Yohanes 1:12-13

Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena, amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso.

Yohanes 1:29

Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!

Yohanes 3:3

Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.

Yohanes 3:5-7

Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye. Megawɔ mo yaa na wò be, megblɔ na wò bena: Ele be, woadzi mi atso dziƒo o.

Yohanes 3:14-21

Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ. Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi. Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o. Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. Ke amesi woa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.

Yohanes 3:22

Nusiawo megbe la Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Yudea-nyigba dzi, eye wònɔ afima kpli wo, eye wòde mawutsi ta na amewo.

Yohanes 3:36

Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.

Yohanes 4:24

Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.

Yohanes 5:14

Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.

Yohanes 5:24

Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.

Yohanes 5:28-29

Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe: eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.

Yohanes 6:37

Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.

Yohanes 6:40

Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.

Yohanes 6:44-45

Amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm da lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Woŋlɔ de nyagblɔlawo me bena: „Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.“ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.

Yohanes 6:47

Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔe se la, agbe mavɔ le esi.

Yohanes 6:51

Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.

Yohanes 6:53-58

Tete Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ɖe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbea ɖeke manɔ mia me o. Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wonoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nye ŋutilã enye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu enye nunono vavã. Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, enɔa menye, eye nye hã menɔa eme. Sigbe alesi Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye nye la mele agbe le Fofoa ŋuti la, nenema ke amesi ɖuam la, eya hã anɔ agbe le ŋutinye. Esiae nye abolo, si ɖi tso dziƒo va, menye abe esi fofoawo du, eye woku la ene o, amesi ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbetegbe.

Yohanes 8:12

Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.

Yohanes 8:24

Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.

Yohanes 8:31-32

Tete Yesu gblɔ na Yudatɔ, siwo xɔ edzi se la bena: Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.

Yohanes 9:31

Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.

Yohanes 10:16

Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.

Yohanes 10:26-28

Ke miawo miele exɔm le sesem o: elabena miawo míenye nye alẽwo dometɔwo o, abe alesi megblɔ na mi ene. Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme; eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.

Yohanes 11:25-27

Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe; eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Ele esia xɔm le sesema? Egblɔ ne bena: E, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.

Yohanes 12:25

Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui: eye amesi ke léa tu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ.

Yohanes 12:42-43

Ke amegãwo dometɔ geɖewo xɔ edzi se; gake la le farisitɔwo ta la womeʋu eme o, bena woagaɖe yewole ha me o; elabena wolɔa amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.

Yohanes 12:46

Nye la kekeli menye va xexeame, bena amesiame, si xɔa dzinye sena la, mano viviti me o.

Yohanes 12:48

Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.

Yohanes 14:6

Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.

Yohanes 14:15

Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.

Yohanes 15:12-13

Esia nye nye se la bena, mialã mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale amea ɖeke si bena, woatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.

Yohanes 16:8-11

Eye ne eyama va la, aƒoe ɖe xexeame nu le nuvɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti: Le nuvɔ̃ ŋuti, elabena womexɔa dzinye sena o; le dzodzoenyenye ŋuti, elabena meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o; le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti, elabena wòdrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.

Yohanes 17:17

Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe?

Yohanes 20:29-31

Yesu gblɔ ne bena: Toma, esi nèkpɔm la, èxɔe se; Woayra amesiwo mekpɔa nu o, eye gake woxɔnɛ sena. Eye dzesi bubu geɖewo hã Yesu wɔ le eƒe nusrɔ̃lawo ŋku me, esiwo womeŋlɔ de agbalẽ sia me o; ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.

Dɔwɔwɔwo 2:21

Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.“

Dɔwɔwɔwo 2:38

Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.

Dɔwɔwɔwo 2:41-42

Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu. Eye wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me.

Dɔwɔwɔwo 3:19

Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,

Dɔwɔwɔwo 4:12

Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.

Dɔwɔwɔwo 5:31

Amesia Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me abe kplɔla kple xɔla ene, bena wòana dzimetɔtrɔ kple nuvɔ̃wo ƒe keke Israel.

Dɔwɔwɔwo 8:12-13

Eye esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyuie gblɔm la dzi se la, wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ke Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye esi wode mawutsi ta ne la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli; eye esi wòkpɔ dzesi kple ŋusẽdɔ gã, siwo wɔm wòle la, kuvia ɖoe.

Dɔwɔwɔwo 8:22

Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò.

Dɔwɔwɔwo 8:36-37

Ke esi wole mɔa dzi heyina la, wova ɖo tsia ɖe gbɔ Eye aƒedzikpɔla la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, tsie nye esi, nuka xe mɔ na nye mawutsidedeta mahã? Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la.

Dɔwɔwɔwo 9:18

Eye enumake ewɔ abe nanee ge tso eƒe ŋkuwo dzi abe tsrowo ene, eye wògakpɔ nu; eye esi wòtsi tre la, wode mawutsi ta nɛ;

Dɔwɔwɔwo 10:34-35

Tete Petro ke nu gblɔ bena: Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke venɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.

Dɔwɔwɔwo 10:42-43

Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi. Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me.

Dɔwɔwɔwo 10:48

Eye wòde se be, woade mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me. Eye woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ ŋkekea ɖewo.

Dɔwɔwɔwo 11:18

Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.

Dɔwɔwɔwo 13:23-24

Tso nenem me sia ƒe dzidzime me Mawu tsɔ xɔla Yesu na Israel le ŋugbedodo la nu: le esime Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname fia Israel dukɔ blibo la katã le eƒe vava ŋgɔ.

Dɔwɔwɔwo 13:38-39

Minya esia azɔ, ŋutsuwo, nɔviwò, bena to nenem me sia dzi wogblɔ nuvɔ̃kekenya fia mi, eye nusiwo katã me womete ŋu tso afia na mi ɖe Mose ƒe se la nu le o la, to eyama me la wotsoa afia na amesiame, si xɔ edzi se.

Dɔwɔwɔwo 14:22

hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.

Dɔwɔwɔwo 16:30-33

Eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Aƒetɔwo, nukae le nam be mawɔ, bena makpɔ ɖeɖe mahã? Wogblɔ bena: Xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se, eye mia kple aƒewò me míakpɔ ɖeɖe. Eye wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ kple amesiwo katã le eƒe me. Eye wòkplɔ wo le zã ƒe gaƒoƒo ma ke dzi, eye wòklɔ abiawo na wo, eye wode mawutsi ta nɛ kple etɔwo katã enumake.

Dɔwɔwɔwo 17:30-31

Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me; elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.

Dɔwɔwɔwo 18:8

Ke Krispo ƒuƒoƒe la ƒe amegã kple eƒeme katã woxɔ Aƒetɔ la dzi se; eye Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye wode mawutsi ta na wo.

Dɔwɔwɔwo 19:4-5

Tete Paulo gblɔ be: Yohanes de mawutsi ta na ame kple dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedeta hegblɔ na dukɔ la bena, woaxɔ amesi gbɔna le eyome la dzi ase: eyae nye Yesu. Ke esi wose esia la, wode mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ dzi.

Dɔwɔwɔwo 19:18

Eye amesiwo xɔe se la dometɔ geɖewo hã va, eye woʋu me hele woƒe nuwɔwɔwo fiam.

Dɔwɔwɔwo 20:21

hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.

Dɔwɔwɔwo 20:28

Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.

Dɔwɔwɔwo 22:16

Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi.

Dɔwɔwɔwo 26:18

be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.

Dɔwɔwɔwo 28:28

Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodo Mawu ƒe xoxo sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe.

Romatɔwo 1:16

Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.

Romatɔwo 1:28-32

Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o; amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa; sakplisalawo, ameŋuzɔlawo, amesiwo léa Mawu ɖe lu me, vlodolawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, amesiwo toa nu vɔ̃ɖi vɛ, amesiwo meɖoa to woƒe dzilawo o, ame masenugɔmewo, nubabladzidalawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle kple ame makpɔnublanuiwo; amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.

Romatɔwo 2:2-11

Ke mienyae bena, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le nyateƒe la nu va amesiwo wɔ nenem nusiawo la dzi. Ke, oo ame, si le ʋɔnu drɔ̃m amesiwo woa nenem nusiawo, eye wò ŋutɔ nèwɔa nu mawo ke la, ɖe nèsusuna bena, yeate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã? Alo ɖe nèdoa vlo Mawu ƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe agbɔsɔsɔ la, eye menyae bena, Mawu ƒe dɔmenyonyo kplɔa wò yina ɖe dzimetɔtrɔ me o mahã? Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la, amesi aɖo teƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu: Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo; ke amesiwo lɔ̃a dzrehehe, eye womeɖoa to nyateƒe la o, hafi woɖoa to madzɔmadzɔnyenye boŋ la, wo tɔ anye dziku kple dɔmedzoe: Xaxa kple momenuveve ava amesiame, si le vɔ̃ wɔm la ƒe luʋɔ dzi, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã; hafi ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa woana amesiame, si le nu nyui wɔm la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã. Elabena ameŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele Mawu gbɔ o.

Romatɔwo 2:16

le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.

Romatɔwo 3:10-11

alesi woŋlɔ ɖi bena: „Ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o. Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o!

Romatɔwo 3:18-19

Mawuvɔvɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na wo o.“ Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.

Romatɔwo 3:20

Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.

Romatɔwo 3:23-25

elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim, eye wotso afia na wo faa le eƒe amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu ta la me, amesi Mawu ɖe avulénu to xɔse me le eƒe ʋu la me, bene yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã la dzi, le esime Mawu ɖo dzi la ŋuti,

Romatɔwo 3:28

Eyata míebuna bena, wotsoa afia na ame to xɔse me, se la ƒe dɔwɔwɔwo manɔmee.

Romatɔwo 4:7

Woayra amesiwo wotsɔ woƒe dzidadawo ke wo la, kple amesiwo wotsyɔ nu woƒe nuvɔ̃wo dzi la;

Romatɔwo 4:25

amesi wotsɔ hena le míaƒe vodadawo ŋuti, eye wofɔe ɖe tsitre le afiatsotso na mí ta.

Romatɔwo 5:1-5

Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye mieƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti. Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míeƒoa adegbe le xaxawo me hã, esi mienyae bena, xaxa dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ; ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si wona mí la dzi.

Romatɔwo 5:8-11

Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me. Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la. Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.

Romatɔwo 5:20-21

Ke se la va tra ɖe eme, bene vodada la nasɔ gbɔ ɖe dzi; ke afisi nuvɔ̃ la sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ geɖe wu, bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.

Romatɔwo 6:1-3

Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo ɖe miaganɔ nuvɔ̃ me, bene amenuveve la nasɔ gbɔ ɖe dzia? Gbeɖe! Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme mahã? Alo ɖe mienyɛ bena, mí amesiwo katã wode mawutsi ta na ɖe Kristo Yesu me la, ɖe eƒe ku mee wode mawutsi ta na mí ɖo o mahã?

Romatɔwo 6:4-7

Eyaŋuti esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakple bene abe alesi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke miawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me. Elabena ne míezu ɖeka kplii hena sɔsɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me; esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o. Elabena amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me.

Romatɔwo 6:7-11

Elabena amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me. Ke ne mia kple Kristo mieku la, miexɔe se bena, mia kplii mianɔ agbe hã; elabena mienyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpa o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o. Elabena esi wòku la, eku na nuvɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me.

Romatɔwo 6:11-14

Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me. Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o. Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ? Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.

Romatɔwo 6:17-19

Ke woada akpe na Mawu bena, míenye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke azɔ la tso dzi me mieɖoa to nufiafia ƒe nɔnɔme, si wotsɔ mi de asi na la. Ke esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe la, wotsɔ mí wo dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwoe. Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.

Romatɔwo 6:22-23

Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ. Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.

Romatɔwo 7:5-6

Elabena esime míele ŋutilã me la, nuvɔ̃wo ƒe nudzodzro wuamenu, siwo dzo tso sea me la, sẽ ŋu ŋutɔ le míaƒe ŋutinuwo me, bene míatse ku na ku; ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.

Romatɔwo 7:8

Ke esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eho ŋubiabiãwo katã ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, nuvɔ̃ ku.

Romatɔwo 7:14-20

Elabena míenyae bena, se la nye gbɔgbɔmenu, ke nye la ŋutilã me menye, wotsɔm ƒle ɖe nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ te. Elabena nusi ke mewɔna la, nyemenyae o; elabena menye nusi melɔ̃na la, mewɔna o, ke nusi meléa fu la, eya ke mewɔna. Ke ne nusi ke nyemelɔ̃na o lae mewɔna la, ekema melɔ̃a sea dzi bena, enyo. Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye lae. Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o. Elabena menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ. Ke ne mewo nusi nyemelɔ̃na o la, ekema meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye boŋ.

Romatɔwo 7:21-25

Eyata azɔ mekpɔ se sia bena, esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye. Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me. O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã? Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ, la dzi! Eyata azɔ nye ɖeka ma ke metsɔa nyasã la subɔa Mawu ƒe se la, ke metsɔa ŋutilã la subɔa nuvɔ̃ ƒe se lae.

Romatɔwo 8:1-8

Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si. Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me, bene woawu sea ƒe dzɔdzɔenyenye la nu le mí, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me. Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina. Elabena ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa; eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o. Ke amesiwo noa anyi le ŋutilã me la, womate ŋu adze Mawu ŋu o.

Romatɔwo 8:9-11

Ke miawo la mienɔa anyi le ŋutilã me o, negbe le Gbɔgbɔ me, ne ele nenema bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔa mia me la. Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o. Ke ne Kristo le mia me la, ekema ŋutilã la ku le nuvɔ̃ ta, gake gbɔgbɔ la enye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti. Ke ne amesi fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe Gbɔgbɔ nɔ mia me la, ekema amesi fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, agbɔ agbe miaƒe ŋutilã, siwo le kuku ge la, hã le eƒe Gbɔgbɔ, si no mia me la ŋuti.

Romatɔwo 8:12-17

Eyata azɔ nɔviwò, fenyilawo míenye, menye ŋutilã si mienyi fe le, bene míanɔ agbe le ŋutilã nu o; elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe. Elabena ame alesi nu Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la mawuviwo wonye. Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo! Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.

Romatɔwo 8:18-19

Elabena mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mia ŋuti la o. Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam.

Romatɔwo 8:32-37

Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mi katã mia ta boŋ; aleke lawɔ, eye matso nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa? Amekae atso Mawu ƒe ame tiatiawo nu mahã? Mawue nye afiatsola; amekae abu fɔ? Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xa mí ɖe akɔ hã. Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ŋutiwò la wowua mí ʋuu le ŋkeke bliboa katã me, wobua mí abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.“ Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti.

Romatɔwo 9:15-16

Elabena egblɔ na Mose bena: „Makpɔ nublanui na amesi ke makpɔ nublanui na, eye nye dɔme atrɔ ɖe amesi ke ŋuti nye dome atro ɖo la ŋuti.“ Eyaŋuti azɔ metso amesi le lɔlɔ̃m alo amesi le du sim la gbɔ o, ke etso Mawu, si kpɔa nublanui la gbɔ boŋ.

Romatɔwo 10:3-4

Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o. Elabena se la ƒe nuwuwu enye Kristo, bene amesiame, si xɔna sena la, nakpɔ dzɔdzɔenyenye.

Romatɔwo 10:9-13

Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo; elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la. Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“ Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la. Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.

Romatɔwo 10:17

Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana.

Romatɔwo 11:4-5

Ke nya ka Mawu ɖo ŋu nɛ mahã? „Mesusɔ ŋutsu akpe adre, siwo medze klo na Baal o la ɖi na ɖokuinye.“ Azɔ nenema ke egbe ŋkeke siawo me hã susɔewo susɔ ɖi le amenuveve ƒe tiatia la nu.

Romatɔwo 11:21-22

Elabena ne Mawu mekpɔ alɔ, siwo nye atia ƒe dzɔdzɔmetɔwo ƒe nublanui o la, makpɔ wò hã wò nublanui o! Eyaŋuti kpɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo kple sesẽ ɖa: eƒe sesẽ ɖe amesiwo dze anyi la ŋuti, ke eƒe dɔmenyonyo ɖe ŋuwò, menye ɖe nenɔ dɔmenyonyo la me; ne menye nenem o la, woalã wò hã ɖa.

Romatɔwo 11:27

eye esiae nye nubabla, si le mía kpli wo dome, ne maɖe woƒe nuvɔ̃wo ɖa la.“

Romatɔwo 12:1-2

Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.

Romatɔwo 12:21

Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tso nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.

Romatɔwo 13:11

Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la.

Romatɔwo 13:14

hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.

Romatɔwo 14:10-12

Ke wò la, nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mi katã míava nɔ tsitre ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“ Eyata azɔ mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.

Romatɔwo 15:13

Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.

Korintotɔwo I 1:8

amesi hã ali ke mi yiɖase nuwuwu la dzi, bene mianye ame maɖifɔwo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.

Korintotɔwo I 1:18

Elabena atitsoga la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo tsrɔ̃ la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.

Korintotɔwo I 1:29-30

bene ŋutilãa ɖeke nagaƒo adegbe le Mawu ƒe ŋku me o. Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,

Korintotɔwo I 3:16-17

Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa? Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.

Korintotɔwo I 5:11-13

Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o. Elabena nya kae le mia kple amesiwo le egodo la dome bena, madrɔ̃ ʋɔnu wo mahã? Alo miawo la, ɖe miedra ʋɔnu amesiwo le eme la gã oa? Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!

Korintotɔwo I 6:9-11

Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.

Korintotɔwo I 6:18-20

Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti. Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa? Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu!

Korintotɔwo I 7:19

Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.

Korintotɔwo I 7:23

Asi sesẽe miexɔ, migazu amewo ƒe kluviwo o.

Korintotɔwo I 10:8-12

Migana miawo ahasi, abe alesi wo dome amea ɖewo wo ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsra le ŋkeke ɖeka dzi ene la o. Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o. Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome amea ɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o. Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la. Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.

Korintotɔwo I 10:13

Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.

Korintotɔwo I 12:13

Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wode mawutsi ta na mí katã le, bena mianye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã.

Korintotɔwo I 15:3-4

Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu,

Korintotɔwo I 15:33-34

Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo. Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.

Korintotɔwo I 15:56

Elabena ku ƒe ti enye nuvɔ̃, ke nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la.

Korintotɔwo 4:3-4

Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le, amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.

Korintotɔwo 4:10-11

Ɖaasi míetsɔa Yesu ƒe ku de mía ŋutilã ŋu nɔa tsatsami, bene Yesu ƒe agbe hã nado ɖe mía ŋutilã ŋu. Elabena ɣeawokatãyi me wotsɔ mi, amesiwo le agbe la, de asi na ku le Yesu ŋuti, bene Yesu ƒe agbe nado ɖe mía ŋutilã, si nye nu kuku la me.

Korintotɔwo 4:17-18

Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí, esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.

Korintotɔwo 5:10

Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.

Korintotɔwo 5:15

eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.

Korintotɔwo 5:17

Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!

Korintotɔwo 5:20-21

Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome! Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.

Korintotɔwo 6:2

Elabena egblɔ bena: „Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.“ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!

Korintotɔwo 6:14

Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?

Korintotɔwo 6:17-18

Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi, eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“

Korintotɔwo 7:1

Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.

Korintotɔwo 7:9-11

gake azɔ dzi le dzɔyem, menye esi wòna míexa nu la ŋuti o, hafi bena wòna míexa nu hena dzimetɔtrɔ boŋ; elabena ena míexa nu ɖe Mawu ƒe didi nu, bena bubu naganɔe na mi le naneke me atso mía gbɔ o. Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve. Elabena kpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia, si míexa ɖe Mawu ƒe didi nu la, aleke wòhewɔ veviedodo geɖe na mi? Ẽ mia ɖokui taʋiʋli, ẽ dzibibi, ẽ vɔvɔ̃, ẽ didi vevi, ẽ ŋuʋaʋã, ẽ hlɔ̃biabia hã! Nusianu me míeɖe mia ɖokui fia be, mienɔ dzadzɛ le nya sia me.

Korintotɔwo 9:13

elabena subɔsubɔdɔ sia ƒe kpɔɖeŋu nyui la ana woakafu Mawu le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyuie me ʋuʋu la kple miaƒe hadede kple woawo kpakple amewo katã tso dzimekɔkɔ me la ŋuti;

Korintotɔwo 12:20-21

Elabena mele vɔvɔ̃m bena, ne meva mia gbɔ la, nyemakpɔ mi abe alesi mele didim ene o, eye miawo la míakpɔ nye hã, abe alesi miele didim o ene; bena dzrewɔwɔwo, ŋuʋaʋãwo, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, ameŋuzɔzɔwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, nyamanyamawɔwɔwo anɔ anyi, bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.

Korintotɔwo 13:5

Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ! Alo ɖe miedze si mia ɖokui bena, Yesu Kristo le mia me oa? Negbe ɖeko mieli ke o.

Galatiatɔwo 2:16

ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.

Galatiatɔwo 2:20

Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.

Galatiatɔwo 3:13

Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“

Galatiatɔwo 3:24

Ale se la zu mia nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe, bene woatso afiã na mí to xɔse me.

Galatiatɔwo 3:27

Elabena mi ame alesi nu wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo.

Galatiatɔwo 4:4-5

Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te, bene wòaxe fe ɖe amesiwo le sea te la ta, bene vinyenye la nasu mía si.

Galatiatɔwo 5:16-18

Ke mele egblɔm be: Miza le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wo ge o. Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o. Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale sea te o.

Galatiatɔwo 5:19-21

Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.

Galatiatɔwo 5:22-23

Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidzidudu; nenem nusiawo la se la metsi tre de wo ŋu o.

Galatiatɔwo 5:24-25

Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu. Ke ne mienɔ agbe le Gbɔgbɔ me la, minɛ míazɔ le Gbɔgbɔ me hã.

Galatiatɔwo 6:7-8

Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.

Galatiatɔwo 6:15

Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso kple aʋamatsomatso siaa menye naneke o, ke nuwɔwɔ yeye boŋ.

Efesotɔwo 1:3-8

Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me, abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me, esi wotsɔ lɔlɔ̃ ɖo mí ɖi hena vinyenye to Yesu Kristo dzi na eɖokui le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe ŋudzedze la nu, bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me, amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu, esi wòna wògba go na mí le nunya katã kple aɖaŋudzedze katã me,

Efesotɔwo 1:11-14

eya, amesi me míexɔ domenyinyi la hã le, esime woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu, bene mianɔ anyi na eƒe ŋutikɔkɔe le kafukafu, mí amesiwo kpɔ mɔ na Kristo gbã la, amesi me miawo hã miele, esime miese nyateƒe la ƒe nya, si nye miaƒe xɔxɔ ƒe nyanyuie la, amesi me hã, esime miexɔ se la, wotre mia nu kple ŋugbedodo ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la le, amesi nye miaƒe domenyinyi ƒe awɔbanu hena ye ŋutɔ tɔwo ƒe ɖeɖe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.

Efesotɔwo 2:1-10

Eye wògba agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me, esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli le nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu — amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. — Ke Mawu, amesi nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me la, le eƒe lɔlɔ̃ geɖe, si wòtso lɔ̃ mí la ŋuti, egba agbe mi amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo me la, kple Kristo — amenuveve wòtso ɖe mi — eye wòfɔ mi ɖe tsitre kplii, eye wòtsɔ mía kplii ɖo dziƒonutowo me le Kristo Yesu me, bene le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la, wòaɖe ye ŋutɔ ƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe, si ƒo wo katã ta la, ɖe go afia le dɔmekɔkɔ, si wòka ɖe mía ŋu la me le Kristo Yesu me. (Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae; menye dɔwɔwɔ me wòtso o, bene amea ɖeke nagaƒo adegbe o.) Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.

Efesotɔwo 4:22-24

bena miaɖe ame xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu, si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe nudzodzrowo me la ɖa; ke boŋ mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me, eye mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.

Efesotɔwo 4:30

Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la.

Efesotɔwo 4:32

Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.

Efesotɔwo 5:3-6

Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple ŋukpeanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o, negbe akpedada boŋ. Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o. Migana amea ɖeke natsɔ nya ƒuƒlu able mi o; elabena nusia ŋuti Mawu ƒe dziku la va vi sẽtowo dzi ɖo.

Efesotɔwo 5:26-27

bene yeakɔ eŋu, esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me megbe la, bene ye ŋuta natsɔe aɖo tsitre na eɖokui wòanye ŋutikɔkɔehame, si ŋuti ɖiƒoƒoa ɖeke alo ayilélea ɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke naganɔ o, ke boŋ la, bene wòana kokoe, eye mokakaa ɖeke naganɔ eŋuti o;

Filipitɔwo 1:6

esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo bena, amesi dze do nyui wɔwɔ gɔme le mia me la, eya ke awu enu vaseɖe Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi,

Filipitɔwo 1:20-21

le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o. Elabena nye la Kristo enye agbe nam, eye ku enye viɖe nam.

Filipitɔwo 1:29

elabena eɖi na mi le Kristo ta bena, menye ɖe miexɔ Kristo dzi se ɖeɖeko o, ke boŋ miekpea fu le eta hã;

Filipitɔwo 2:12

Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!

Filipitɔwo 3:3

Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.

Filipitɔwo 3:18-21

Elabena ame geɖewo zɔna, amesiwo ŋutinya megblɔ na mi enuenu; gake azɔ la metsɔ avifafa le egblɔm bena, Kristo ƒe atitsoga ƒe futɔwo wonye. Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko. Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso, amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.

Filipitɔwo 4:13

Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.

Kolosetɔwo 1:13-14

amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me, amesi me míekpɔ fexexeɖeta, si nye nuvɔ̃keke la le,

Kolosetɔwo 1:21-22

Eye mi amesiwo nye ame tutɔwo kple ketɔwo le miaƒe tamesusu me le dɔwɔwɔ vɔ̃wo me tsã la; ke azɔ la elé avu le mia kplii dome le eƒe anyigba dzi ŋutilã la me to ku me, bene woatsɔ mi aɖo kɔkɔetɔwo kple mokaka manɔŋutɔwo kpakple fɔmabumabutɔwo le eƒe ŋku me,

Kolosetɔwo 2:11-13

amesi me wotso aʋa na mi le hã kple aʋatsotso, si menye asi wotsɔ tsoe o, to ŋutilã ƒe ame blibo la ƒe ɖeɖeɖa me le Kristo ƒe aʋatsotso me, eye woɖi mi kpakplii le mawutsidedetaname me, amesi me wofɔ mi ɖe tsitre hã le to Mawu, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ dzixɔse la me. Eye mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii hã, esi wotsɔ dzidadawo katã ke mi,

Kolosetɔwo 3:2-4

Mitsɔ miaƒe tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu, menye anyigbadzinuwo ŋu o. Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me. Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.

Kolosetɔwo 3:5-9

Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ; nusiwo ta Mawu ƒe dziku va vi sẽtowo dzi ɖo, nusiwo me miawo hã miezɔ le tsã, esime mienɔ agbe le nusiawo me. Ke azɔ miawo hã miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me; migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,

Kolosetɔwo 3:12-14

Eyata esi míenye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nyaa ɖe le amea ɖe si ɖe amea ɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.

Kolosetɔwo 3:25

Elabena amesi ke wɔa nu madzɔmadzɔ la, axɔ nu madzɔmadzɔ, si wòwɔ la ƒe fetu, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele eme o.

Tesalonikatɔwo I 3:13

bene wòado ŋusẽ miaƒe dziwo, be woanɔ anyi mokaka manɔŋui le kɔkɔenyenye me le Mawu, mía Fofo la ŋku me le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe vavagbe la! Amen.

Tesalonikatɔwo I 4:3-4

Elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawo mia ɖokui kɔkɔe, eye miade mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi woade ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me;

Tesalonikatɔwo I 5:9

Elabena Mawu meɖo mí na dziku o, ke boŋ, bena xɔxɔ nasu mía si to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,

Tesalonikatɔwo I 5:21-23

Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi. Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me! Ke ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ kpakple ŋutilã blibo la katã ɖo mokaka manɔŋui halase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la!

Tesalonikatɔwo II 2:13

Ke ele na mí be, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔvi, siwo Aƒetɔ la lɔ̃na, bena Mawu Mia mi tso gɔmedzedzea me hena xɔxɔ le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ kple nyateƒe dzixɔse la me,

Timoteo I 1:9-10

eye míenya esia bena, womena se ame dzɔdzɔe o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo kple ame mavɔ̃mawuwo, kple nuvɔ̃wɔlawo kple ame makɔmakɔwo kple ahɔhlɔ̃bɔlawo kple tɔwulawo kple nɔwulawo kple amewulawo kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti

Timoteo I 1:15-16

Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le. Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mava la.

Timoteo I 2:4

amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.

Timoteo I 2:5-6

Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li, amesi tsa eɖokui na abe fexexe ɖe amewo katã ta la ene, si nye ɖaseɖiɖi la le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la me;

Timoteo I 4:1-2

Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me, amesiwo wotsɔ ga xɔdzo ɖe dzesi wo le woa ŋutɔwo ƒe dzitsinya me,

Timoteo I 5:7

Eye de nusiawo ƒe se na wo, bene woanɔ anyi mokaka manɔŋui.

Timoteo I 6:14

be, nalé sedede sia ɖe asi kpɔtsotso kple mokaka manɔŋui yiɖase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la dzi,

Timoteo II 1:8-10

Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu, amesi ɖe mí, eye wotsɔ yɔyɔ kɔkɔe yɔ mí; menye le míaƒe dɔwɔwɔwo nu o, ke boŋ le ye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoɖi kple amenuveve la nu, si wòtsɔ na mi le Kristo Yesu me, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme. Ke azɔ la woɖee fia to mía xɔla Kristo Yesu ƒe dodo me, amesi ɖe ku ɖa, eye wòhe agbe kple magblẽmagblẽ ɖe go va kekeli nu to nyanyuie la me,

Timoteo II 2:10-12

Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi. Nyateƒenya wònye: Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplim, ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;

Timoteo II 2:19

Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.

Timoteo II 2:24-26

Ke ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiãa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la, eye woaganyɔ̃ avo atso Abosam, si lé wo aboyo, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe mɔ me mahĩ.

Timoteo II 3:2-5

Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!

Timoteo II 3:12

Ke amesiwo katã ɖina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.

Timoteo II 3:16-17

Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.

Timoteo II 4:8

Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.

Timoteo II 4:18

Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.

Tito 1:2

ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;

Tito 2:11-14

Elabena Mawu ƒe amenuveve la ɖe eɖokui fia hetso xoxo vɛ na amewo katã, eye wòɖea mí, bena míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míano anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me, eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam, amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!

Tito 3:5

exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,

Tito 3:7

bena mí amesiwo wotso afia na to eƒe amenuveve me la, míazu agbe mavɔ ƒe domenyilawo le nukpɔkpɔ la nu.

Hebritɔwo 2:1-3

Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o. Elabena ne nya, si wogblɔ ɖi to mawudɔlawo dzi la, li dzi sesĩe, eye vodada sia vodada kple tosesẽ sia tosesẽ kpɔ eŋuti fetu vɔ̃, si dze la, aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,

Hebritɔwo 2:18

Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.

Hebritɔwo 3:12

Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,

Hebritɔwo 3:13

ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔa ɖeke ƒe dzime o.

Hebritɔwo 3:15

Esime wògblɔ be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me ene o!“

Hebritɔwo 4:13-16

eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me! Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe. Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.

Hebritɔwo 6:4-6

Elabena amesiwo me woklẽ ɖo kpɔ, eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wozu Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe gomekpɔlawo, eye woɖo Mawu ƒe nyanyuie kple xexeme, si le vava ge ƒe ŋusẽwo kpɔ, eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawo wo yeye hena dzimetɔtrɔ, le esi wogaklã Mawuvi la ɖe atitsoga ŋu na wo ɖokui, eye wona wodo ŋukpee la ta.

Hebritɔwo 7:25

Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.

Hebritɔwo 8:10

Elabena esia nye nu, si mabia kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.

Hebritɔwo 8:12

Elabena mave woƒe madzɔmadzɔnyenyewo nu, eye nyemagado ŋu woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo o.“

Hebritɔwo 9:12

eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.

Hebritɔwo 9:15

Eye le esia ta wònye nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xoxo tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxa domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo.

Hebritɔwo 9:22

Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.

Hebritɔwo 9:27-28

Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la, nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.

Hebritɔwo 10:10

lɔlɔ̃nu sia me wokɔ mía ŋu le zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu to Yesu Kristo ƒe ŋutilãtsɔtsɔna me.

Hebritɔwo 10:12

ke eya la, esime wotsɔ vɔsa ɖeka na ɖe nuvɔ̃wo ta megbe la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me tegbetegbe,

Hebritɔwo 10:14-18

Elabena vɔsa ɖeka wòtsɔ wɔ amesiwo ŋuti wokɔ la blibo halase tegbe. Ke Gbɔgbɔ kɔkɔe hã ɖi ɖase le eŋuti na mí; elabena esime wògblɔ be: „Esiae nye nu, si mabia kpli wo le ŋkeke siawo megbe la, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe dziwo me, eye woƒe tame hã maŋlɔ wo ɖo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo o.“ Ke afisi nuvɔ̃wo ƒe keke le la, vɔsa ɖe nuvɔ̃wo ta meganɔnɛ o.

Hebritɔwo 10:19-22

Azɔ, nɔviwo, esi dzideƒo le mía si, be míayi ɖe kɔkɔeƒe la me to Yesu ƒe ʋu la me, eyae nye mɔ, si ŋuti wokɔ na mí, be wòanye mɔ yeye gbagbe, si to xɔmetsovɔ me, eyae nye eƒe ŋutilã; eye esi nunɔlagã, si le Mawu ƒe aƒe nu la, le mia si ŋuti la, mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;

Hebritɔwo 10:26-31

Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li. Ne amea ɖe do vlo Mose ƒe sea la, ekuna nublanui makpɔmakpɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu; fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã? Elabena míenyae amesi gblɔ be: „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe;“ eye wògagblɔ be: „Yehowa adrɔ̃ nɔnu eƒe dukɔ la.“ Enye ŋɔdzinu, ne amea ɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.

Hebritɔwo 11:1

Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.

Hebritɔwo 11:6

Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.

Hebritɔwo 12:1

Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,

Hebritɔwo 12:4

Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o;

Hebritɔwo 12:14

Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.

Hebritɔwo 12:17

Elabena mienyae bena, emegbe hã, esime wòdi be, yeanyi yayra ƒe dome la, wotee; elabena mekpɔ tametɔtrɔ ƒe mɔnu o, wònye etsɔ aɖatsiwo dii vevie hafi.

Hebritɔwo 13:4

Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.

Hebritɔwo 13:15

Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.

Hebritɔwo 13:20

Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,

Yakobo 1:5

Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.

Yakobo 1:12-13

Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la. Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea amea ɖeke kpɔna o.

Yakobo 1:14-15

Ke wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.

Yakobo 1:21-22

Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la. Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o!

Yakobo 2:10

Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.

Yakobo 2:14-17

Nɔvinyewo, ne amea ɖe gblɔ be, xɔse le ye si, ke dɔwɔwɔwo mele esi o la, viɖe ka wònye mahã? Ɖe xɔse ma ate ŋu axɔe ɖe agbe mahã? Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, eye mia dome amea ɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã? Nenema ke xɔse hã, ne dɔwɔwɔwo mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me.

Yakobo 2:24

Miekpɔ bena, wotsɔ dɔwɔwɔwo tso afia na ame, eye menye xɔse ɖeɖekoe o.

Yakobo 2:26

Elabena abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.

Yakobo 4:4-10

Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ. Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã? Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“ Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo! Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto. Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.

Yakobo 4:17

Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.

Yakobo 5:15-16

Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee. Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.

Yakobo 5:19-20

Nɔvinyewo, ne mia dome amea de tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye amea de gatrɔe vɛ la, nena woanyae bena, amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.

Petro I 1:3-5

Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mi, amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,

Petro I 1:6-9

si me miatso aseye le, wònye ele na mi be, miaxa nu azɔ ɣeyiɣi ʋeea ɖe le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me hafi, bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me; amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye, esime miexɔa miaƒe xɔse ƒe nuwuwu, si nye miaƒe luʋɔwo ɖeɖe.

Petro I 1:14-16

eye abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o, ke boŋ abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: „Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.“

Petro I 1:17-19

Eye ne mieyɔ amesi mekpɔ ame ŋku me o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ɖe amesiame ƒe dɔwɔwɔ nu la, ƒe ŋkɔ dzi abe Fofo ene la, ekema mizɔ le miaƒe amedzronyenye ƒe ɣeyiɣi la me le vɔvɔ̃ me; elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o, ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,

Petro I 1:22-25

Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me. Elabena wogbugbɔ mi dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si noa anyi tegbetegbe la me. Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna; ke Aƒetɔ ƒe nya la noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.“ Ke esiae nye nya, si wogblɔ fia mi.

Petro I 2:24-25

Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la. Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.

Petro I 3:18

Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;

Petro I 3:21-22

nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me, amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.

Petro I 4:1-3

Azɔ esi Kristo kpe fu ɖe mia ta le ŋutilã me ŋuti la, miawo hã mikpla tamesusu ma ke abe aʋawɔnuwo ene; elabena amesi kpe fu le ŋutilã me la, edzudzɔ nuvɔ̃wɔwɔ, bena miaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo le ɣeyiɣi, si susɔ be, mianɔ agbe le ŋutilã me la me o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;

Petro I 4:7-8

Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa. Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.

Petro I 4:12-13

Lɔlɔ̃tɔwo, migana fiafiã ƒe tetekpɔ, si va mia dzi hena mia dodokpɔ la, nawɔ yaa ɖe mi, abe nyaa ɖe ƒomevie va dzɔ ɖe mia dzi ene o; ke boŋ zi geɖe alesi miekpɔ gome le Kristo ƒe fukpekpewo me la, zi geɖe ma ke mikpɔ dzidzɔ bena, le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia me hã la míakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye.

Petro I 4:17-18

Elabena azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me; ke ne wodze egɔme tso mía dzi la, ekema nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe nyanyuie la o mahã? Eye nenye bebli hafi woaxɔ ame dzɔdzɔe la, afika ame mavɔ̃mawu kple nuvɔ̃wɔla lado ɖo mahã?

Petro I 4:19

Eyata amesiwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, natsɔ woƒe luʋɔwo ade asi na wolã nuteƒewɔla la le dɔ nyui wɔwɔ me.

Petro I 5:9-10

minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi. Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.

Petro II 1:10-11

Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o. Elabena le ale mɔ sia dzi woana gege ɖe mía Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me nu wòasɔ gbɔ fũ.

Petro II 2:9

ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo;

Petro II 3:9

Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.

Petro II 3:14

Eyata, lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nusiawo lalam ŋutilã, mido vevie, bena woakpɔ mi le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui le eƒe ŋku me,

Yohanes I 1:6-10

Ne míegblɔ bena, míedo ƒome kpakplim eye gake miegale viviti me zɔm la, ekema aʋatso kam míele, eye menye nyateƒe dzi wɔm míele o; ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti. Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o. Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti. Ne míegblɔ bena, míewɔa nuvɔ̃ o la, ekema míeɖo eyama aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mia me o.

Yohanes I 2:1-6

Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti. Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae. Amesi ke gblɔ bena, yenyae, eye gake melé eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o. Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me. Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.

Yohanes I 2:12

Viwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena wotsɔ nuvɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ ta.

Yohanes I 2:15-17

Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.

Yohanes I 2:21-23

Nyemeŋlɔ ɖo ɖe mi, abe ɖe mienya nyateƒe la ene o, ke boŋ le esi mienyae, eye le esi aʋatsokakaa ɖeke metsoa nyateƒe me o la guti. Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, eyae nye Kristo ƒe futɔ la. Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le.

Yohanes I 2:25-26

Eye ŋugbedodo, si eya ŋutɔ ɖo na mí la, eya nye agbe mavɔ la. Nya siawo meŋlɔ ɖo ɖe mi le amesiwo le mia blem la ŋuti.

Yohanes I 2:28-29

Eye azɔ, vinyewo, mina eya me, bena ne eva do la, ne dzi naɖo mia ƒo, eye ŋu nagakpe mí le eƒe ŋku me le eƒe vava la me o. Ne mienyae bena, dzɔdzɔetɔ wònye la, ekema midze sii be, amesiame, si le nu dzɔdzɔe wɔm la, egbɔ wodzi eya hã tso.

Yohanes I 3:3

Eye amesiame, si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ sia ɖo eyama dzi la, eya kɔ eɖokui ŋuti, abe alesi eya hã ŋuti kɔ ene.

Yohanes I 3:4-10

Amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, edaa se hã dzi, eye nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ. Eye mienyae bena, eyama ɖe eɖokui fia, bene yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ayii, eye nuvɔ̃a ɖeke mele eya me o. Amesiame, si nɔa eya me la, mewɔa nuvɔ̃ o; amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, mekpɔ eyama o, eye medze si eyama hã o. Viwo, migana amea ɖeke naflu mi o: Amesi ke le nu dzɔdzɔe wɔm la, ame dzɔdzɔe wònye, abe alesi eya hã nye dzɔdzɔetɔ la ene. Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo. Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso. Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.

Yohanes I 3:22

eye nusianu, si míebiae la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye miewɔa nusiwo dzea eŋu.

Yohanes I 3:23-24

Eye esiae nye se la bena, miaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe alesi wòde se na mí ene. Eye amesi léa eƒe seawo me ɖe asi la, enɔa eme, eye eya hã nɔa eme. Eye esia me miedze sii le be, enɔa mía me, le Gbɔgbɔ, si wòna mi la ta.

Yohanes I 4:7-8

Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu. Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃.

Yohanes I 4:15

Amesi ke ʋua me bena, Yesu ye nye Mawu Vi la, Mawu nɔa eme, eye eya hẽ nɔa Mawu me.

Yohanes I 4:20-21

Ne amea ɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã? Eye miexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.

Yohanes I 5:1-5

Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã. Ne míelɔ̃a Mawu, eye mieléa eƒe seawo me ɖe asi la, esia me míedze sii le bena, míelɔ̃a mawuviwo. Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o. Elabena nusianu, si wodzi tso Mawu me la, ɖua xexeame dzi, eye dziɖuɖu, si ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse. Amekae nye amesi ɖua xexeame dzi, ne menye amesi xɔnɛ sena bena, Yesu ye nye Mawuvi la o mahã?

Yohanes I 5:10-12

Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o. Eye ɖaseɖiɖi la enye si bena, Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe sia le Via me. Amesi si Vi la le la, agbe le esi; eye amesi si Mawu ƒe Vi la mele o la, agbe mele esi o.

Yohanes I 5:13

Nusiawo meŋlɔ na mi amesiwo xɔa Mawuvi la ƒe ŋkɔa dzi sena la, bena miadze sii be, agbe mavɔ le mia si.

Yohanes I 5:14

Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.

Yohanes I 5:18

Míenyae bena, amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; ke amesi wodzi tso Mawu me la, eya léa eɖokui nyuie, eye vɔ̃ɖitɔ la mekaa asi eŋu o.

Yohanes II 1:9-11

Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.

Yuda 1:21-24

eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la bena agbe mavɔ. Eye mikpɔ nublanui na amea ɖewo, amesiwo le ɖi kem, miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã. Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;

Nyaɖeɖefia 1:5

eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,

Nyaɖeɖefia 2:4-5

Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi. Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.

Nyaɖeɖefia 2:16

Azɔ trɔ le wò dzi me: ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò.

Nyaɖeɖefia 2:21

Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o.

Nyaɖeɖefia 3:5

Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.

Nyaɖeɖefia 3:15-16

Menya wò dɔwɔwɔwo bena, mefa hã o, mèdze dzo hã o. Ɖe medi be, ɖewo nafa alo nadze dzo. Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me.

Nyaɖeɖefia 3:17-19

Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o. Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu. Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?

Nyaɖeɖefia 3:20

Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.

Nyaɖeɖefia 3:21

Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.

Nyaɖeɖefia 7:14

Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.

Nyaɖeɖefia 12:11

Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.

Nyaɖeɖefia 14:5

Eye womekpɔ aʋatsokakaa ɖeke le woƒe nu me o; elabena wonye mokaka manɔŋutɔwo.

Nyaɖeɖefia 14:12

Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le.

Nyaɖeɖefia 15:4

Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.

Nyaɖeɖefia 20:11-12

Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o. Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.

Nyaɖeɖefia 21:4-8

Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo. Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa. Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye. Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.

Nyaɖeɖefia 22:11

Amesi ke wɔa vɔ̃ la, neno vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nena nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.

Nyaɖeɖefia 22:14

Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.

Nyaɖeɖefia 22:17

Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.

Nyaɖeɖefia 22:18-19

Mele ɖase ɖim na amesiame, si le agbalẽ sia me nyagblɔɖilawo sem la bena, ne amea ɖe tso nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la akpe ɖe eŋuti nɛ, eye ne amea ɖe aɖe nane le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net