11 – Nuvɔ̃

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Nuvɔ̃.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Hebritɔwo 10:26-27

Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li.

Psalmowo 78:10

womelé Mawu ƒe nubabla la me de asi o, eye wogbe zɔzɔ de eƒe seawo nu,

Yohanes 8:24

Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 359 kpukpuiwo

Mose I 2:16-17

Eye Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: Ɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ la, megaɖu eya ƒe tsetsea ɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.

Mose I 3:6

Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu.

Mose I 3:7-11

Tete wo kpakple eve ƒe ŋkuwo ʋu, eye wodze sii bena, yewole amama, eye wòtɔ amagbawo hesa ɖe ali. Eye esi wose Yehowa Mawu ŋkɔ le anyinufaɣi le abɔa me la, amea kple srɔ̃a woɣla wo ɖokui ɖe Yehowa Mawu ɖe abɔmetia ɖe te. Tete Yehowa Mawu yɔ amea gblɔ nɛ bena: Afika nèle? Eɖo ŋu nɛ bena: Mese ŋkɔwò le abɔa me, eye meva; elabena mele amama, eye meɣla ɖokuinye. Egblɔ be: Ameka toe na wò be, amamae nèle? Alo ɖe nèɖu ati, si ŋuti meɖe se na wò be, megaɖu eƒe ɖeke o la ƒe ɖe mahã?

Mose I 3:12-13

Ame la ɖo ŋu bena: Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu. Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui.

Mose I 3:22-24

Eye Yehowa Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ. Ke be wòagaɖo asi ɖa agbe agbetia hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe ɖoɖoɖo o la, Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe. Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.

Mose I 4:5-8

ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o. Eye Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã. Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Nukaŋuti nèle dzi bim, eye nukaŋuti nèle adã ɖom? Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi! Esia megbe la Kain gadɔ nu kple nɔvia Habel. Ke eva ve me bena, esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.

Mose I 6:5

Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,

Mose I 18:20

Tete Yehowa gblɔ bena: Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa.

Mose II 20:3-6

Mawu bubua ɖeke megunɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi; ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi la nu.

Mose II 20:7

Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.

Mose II 20:13-17

Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi to la ƒe ɖeke dzi o.

Mose II 20:20

Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, elabena Mawu ɖe wòva mia do ge akpɔ, bena vɔvɔ̃ nanɔ eŋu le mia dome, ne miagawɔ nuvɔ̃ o.

Mose II 21:15-17

Amesi ke aƒo fofoa alo dada la, woawui. Amesi ke afi lãme adzra, alo woakpɔe le esi la, woawui. Amesi ke aƒo fi ade fofoa alo dada la, woawui.

Mose II 22:19

Amesiame, si adɔ lãa ɖe gbɔ la, woawui.

Mose II 23:1

Megasa sakpli o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nazu aʋatsoɖaseɖila o.

Mose III 5:5

Eya dzɔ, ne amea ɖe ɖi fɔ le nusiawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòaʋu vo, si wòda la me,

Mose III 18:20

Megaɖe asi hawòvi srɔ̃ ŋu, bena nado ŋunyɔ ɖokuiwò o.

Mose III 18:21

Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.

Mose III 18:22

Megadɔ ŋutsu gbɔ abe nyɔnu gbɔ ene o, ŋunyɔnu wònye.

Mose III 18:23

Megade asi lã ŋu ahado ŋunyɔ ɖokuiwò o, eye nyɔnua ɖeke megana lã nayɔ asii o, ŋukpenanu vɔ̃ɖi wònye.

Mose III 18:29

Ne amea ɖe wɔ ŋunyɔnu siawo dometɔa ɖe la, woatsrɔ̃ amesi wɔe la ɖa le eƒe dukɔ la dome.

Mose III 19:11

Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.

Mose III 19:18

Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!

Mose III 19:35-36

Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye migaba ame le dzidzeka, nudanu kple nudonui me o. Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo, efa blibo kple hin blibo nanɔ mia si. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi.

Mose III 20:7

Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Mose III 24:15-16

Ke ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: Ne amea ɖe do ɖiŋu na eƒe Mawu la, ekema eƒe nuvɔ̃ le edzi. Ne amea ɖe ƒo fi de Yehowa ƒe ŋkɔ la, woawui; ha blibo la naƒu kpee wòaku, eɖanye amedzro alo duamevi o, ele be, woaku, elabena eƒo fi de ŋkɔ kɔkɔe la.

Mose III 24:19-20

Ne amea ɖe wo nu vevi nɔvia la, ekema woawɔ eya hã, abe alesi wòwɔe ke ene; nuveviwɔame ɖe nuveviwɔame teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe; alesi wòwɔ nu vevi amea ɖee la, nenema ke woawɔ eya hãe.

Mose III 26:40

Emegbe ne woaʋu woawo ŋutɔ kple wo fofowo ƒe vo, si woda hewɔ nuvɔ̃, eye wotsi tre ɖe ŋunye,

Mose IV 5:6

Gblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe da vo ɖe amea ɖe ŋu, eye meɖi anukware na Yehowa o la, ekema ame la ɖi fɔ.

Mose IV 21:7

Tete dukɔ la va Mose gbɔ gblɔ bena: Míewɔ nuvɔ̃ be, mieƒo nu le mia kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa, bena wòaɖe dawo ɖa le mía dome. Eye Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta.

Mose IV 32:23

Ke ne miewɔ alea o la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye míakpɔ miaƒe nuvɔ̃wo tɔ nua.

Mose V 5:7-10

Mawu bubua ɖeke megana asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò ɖe nusiwo le dziƒo afime kple anyigba dzi afi kpakple tsiwo me le anyigba dzi la, ƒe nɔnɔme ŋu o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi; ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wòwɔa nye sewo dzi la nu.

Mose V 5:11

Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakatsyɔ o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔ eƒe ŋkɔ yakatsyɔ la o.

Mose V 5:17-21

Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o. Hawòvi srɔ̃ megabiã ŋu na wò o, eye hawòvi ƒe aƒe kple eƒe agble, eƒe dɔlaŋutsu kple eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu kple eƒe tedzi kpakple nusianu, si nye hawòvi to la, ƒe ɖeke megabiã ŋu na wò o.

Mose V 5:32

Milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mi ene, eye migadze ɖe ɖusi alo mia me o;

Mose V 7:25-26

Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la. Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.

Mose V 25:13-16

Nudakpe eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ butu me na wò o. Efa eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ aƒewò me o. Nudakpe blibo nyui nanɔ asiwò, ne nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi. Elabena amesiame, si wɔ nusia, eye wòwɔ nu madzɔmadzɔ la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, wò Mawu la.

Mose V 27:15

Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye adaŋu wɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Mose V 27:19

Amesi te amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo ƒe nya ɖe to la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Mose V 27:24

Amesi wu nɔvia le adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Mose V 27:25

Amesi na woɖae be, wòawu ame ahakɔ ʋu maɖifɔ ɖi la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Mose V 27:26

Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Mose V 28:15

Ke ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o, eye melé se kple ɖoɖo, siwo katã megblɔ na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi o la, ekema fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.

Mose V 32:16-17

Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ. Wosa vɔ na trɔ, siwo menye mawuwo o, kple mawu, siwo womenya o, kpakple nu yeye, siwo meli tsã o, nusiwo ŋu mia fofowo medzi ŋɔ le o.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:15

Ke Israel-viwo gblɔ na Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃, eyata wɔ mí, alesi dze ŋuwò; ke ɖe mí fifia ko!

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:6

Ɣemaɣi la fíaa ɖeke mena Israel o, eye amesiaame wɔ nusi dze eŋu.

Samuel I 2:17

Eye dɔlawo ƒe vodada sɔ gbɔ le Yehowa ŋku me, elabena woɖi gbɔ Yehowa ƒe vɔsa le ameawo ŋku me.

Samuel I 15:23

Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o.

Fiawo I 8:46

Ne wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, — elabena amegbetɔa ɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o — eye nèɖo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hetsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye woɖe aboyo wo yi woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eɖanye didiƒe alo kpuiƒe o,

Fiawo II 17:17-18

Wona wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo to dzo me, woka afã hesa dzo, eye wotsɔ wo ɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wowɔ le Yehowa ŋku me, ne woatsɔ aɖo dɔmedzoe nɛ. Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋuti ŋutɔ, eye wòɖe wo ɖa le eƒe ŋku ta; wo dometɔa ɖeke mekpɔtɔ o, negbe Yuda-to la ko.

Kronika II 6:39

ekema nase woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le nɔwòƒe le dziƒo, eye natso na wo, eye tsɔ nuvɔ̃, si wowɔ ɖe ŋuwò la, ke wò dukɔ la.

Kronika II 33:6

Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne.

Hiob 8:13

Alea wonona na amesiwo kalã ŋlɔ Mawu be la, eye ame vlowo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa agu.

Hiob 10:14

Ne mewɔ nuvɔ̃ la, èle ŋudzɔ nam hã, eye mètso nam le vodada me o.

Hiob 13:4

Ke miawo la, ami ɖem miele ɖe aʋatso, eye gbedala dzodzrowo mienye.

Hiob 13:23

Vodada kple nuvɔ̃ nenie le ŋunye? Na manya nye dzidadawo kple nye nuvɔ̃wo!

Hiob 15:14

Nuka nye amegbetɔ, be yeadza, kple nyɔnu tɔ dzidzia, be yeanye ame dzɔdzɔe?

Hiob 33:27-28

Adzi ha na amewo agblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, eye metrɔ gbo nu dzɔdzɔe la, ke womeɖo eteƒe nam o. Eɖe nye luʋɔ, ale be meyi yɔ me o, eye nye agbe kpɔ dzidzɔ le kekeli ŋu.

Psalmowo 1:1

Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, amesi metsia tsitre ɖe nuvɔ̃wɔlawo fe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o;

Psalmowo 1:4-6

Ame vɔɖiwo ya mele alea o, ke boŋ wole abe tsro, si ya lɔna ɖe nu ene. Eyata ame vɔ̃ɖiwo manɔ te le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye nuvɔ̃wɔlawo mana te ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o. Elabena Yehowa nya ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ buna gbidi.

Psalmowo 4:2

Mi ŋutsu ƒe viwo, zi nenie miaɖi gbɔ nye bubu, yakanu nanɔ mía ŋu nyom, eye míanɔ aʋatso yome dim? Sela.

Psalmowo 5:5-6

Adegbeƒolawo menɔa te ɖe ŋkuwò me o; èléa fu nu vlo wɔlawo katã. Etsrɔ̃a aʋatsokalawo; Yehowa tsria hlɔ̃me kple alakpatɔ.

Psalmowo 10:2-4

Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dada doa dzikatsoƒoe na hiãtɔwo; woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe aye, si woɖo la, ale woe. Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu. Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.

Psalmowo 10:7

Ɖiŋudodo, alakpa kple ŋutasẽnya yɔ nu me nɛ taŋ, eye gbegblẽ kple dzɔgbevɔ̃e le eƒe ade te.

Psalmowo 14:1

Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o.

Psalmowo 25:18

Kpɔ nye nuxaxa kple nye hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem!

Psalmowo 32:1

Dawid ƒe nufiameha. Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyó nui.

Psalmowo 32:5

Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.

Psalmowo 36:3

Eƒe nu me nya enye vovlo kple alakpa: edzudzɔ nuwɔwɔ ɖe nunya me kple nu nyui wɔwɔ.

Psalmowo 37:8

Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge!

Psalmowo 38:18

Elabena meɖe nye vodadawo fia, eye metsi dzi le nye nuvɔ̃wo ta.

Psalmowo 41:4

Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!

Psalmowo 51:1-4

Dawid ƒe ha na henɔ la, esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ. Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanui-kpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa! Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me! Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me daa? Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nusi nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ, ne tɔwò nadzɔ le wò nuƒoƒo me, eye ŋuwò nadza le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ me.

Psalmowo 51:5

Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!

Psalmowo 51:9-11

Ɣla wò mo ɖe nuvɔ̃nyewo, eye tutu nye vodadawo katã ɖa! Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye! Megatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!

Psalmowo 52:2

Wò aɖe le gbegblẽ ŋu susum abe talũhɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpadala.

Psalmowo 53:1-3

Dawid ƒe nufiameha na henɔ la, ne woadzi ɖe nublanuigbe me. Ahunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me bena: Mawua ɖeke meli o! Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo le nu tovo wɔwɔwo me. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o. Mawu ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòbiaa Mawu ta sena hã? Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o!

Psalmowo 59:12

Woƒe nu me nuvɔ̃ enye woƒe nuyiwo ƒe i ya, eyata woalé wo le woƒe dada la me le fiƒode kple alakpa, si dona tsoa wo nu la ta.

Psalmowo 69:5

Mawu, enya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖiwo meɣla ɖe wò o.

Psalmowo 78:10

womelé Mawu ƒe nubabla la me de asi o, eye wogbe zɔzɔ de eƒe seawo nu,

Psalmowo 78:17

Ke woyi dzi gawɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, eye wodze aglã ɖe dziƒoʋitɔ la ŋu le kuɖinyigba dzi.

Psalmowo 79:8-9

Megaɖi tsãtɔwo ƒe vodadawo na mí o! Netsɔ, nakpɔ nublanui na mí, elabena míegbɔdzɔ ŋutɔ! Mía xɔname ƒe Mawu, xɔ na mi le wò ŋkɔ ƒe bubu la ta; ɖe mí, eye natsɔ mía nuvɔ̃wo ke mí le wò ŋkɔ la ta!

Psalmowo 90:8

Etsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋku me, kple míaƒe nu ɣaɣlawo ɖo wò mo ƒe kekeli nu.

Psalmowo 97:10

Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milè fu vɔ̃! Ekpɔa eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me.

Psalmowo 101:7

Amesi daa alakpa le, manɔ aƒenye me o, eye amesi kaa aʋatso la, mali de ŋkunye me o.

Psalmowo 103:10-12

Mewɔna na mi de míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o. Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu se de amesiwo vɔ̃nɛ la dzii. Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetodoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo da boo tso mía gbɔe.

Psalmowo 106:6

Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.

Psalmowo 106:35-39

ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔwɔwo. Wosubɔ woƒe legbawo, eye wotre zu mɔ na wo, Eye wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na gbetsiwo. Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la. Wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo ƒo di wo ɖokui, eye wozu ame dzegowo to woƒe nuwɔwɔwo me.

Psalmowo 119:1

Woayra amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, amesiwo zɔna le Yehowa ƒe se la me.

Psalmowo 119:11

Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.

Psalmowo 119:118

Egbe amesiwo katã tra tso wò ɖoɖowo gbɔ, elabena woƒe alakpadada mele ɖeke me o.

Psalmowo 119:136

Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta.

Psalmowo 139:23-24

Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo! Eye ne èkpɔ be, fukpekpemɔ le ŋkunye me la, kplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi!

Lododowo 1:10

Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la, megalɔ̃ edzi o!

Lododowo 6:12-14

Yakame kple ame gbegblẽ enye amesi tsɔa alakpadanu nɔa yiyimee, eya, amesi mlãa ŋku ɖe ame, etoa nya kple eƒe afɔ, eye wòtsɔa eƒe asi fiaa dzesii, eya, amesi ƒe dzi me ayedzedze le, edoa va de tame ɣesiaɣi, eye wòdea dzra aƒe.

Lododowo 6:16-19

Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ: dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa nu maɖifɔ ɖi, dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu, amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa, kpakple amesi dea dzre nɔviwo dome.

Lododowo 8:13

Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.

Lododowo 11:20-21

Amesiwo si alakpadzi le la, ŋunyɔ wònye na Yehowa; ke amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la, ƒe nu nyea eŋu. Mina míatso gbe, ne woahagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fi! Ke woade ame dzɔdzɔe ƒe ƒome ya.

Lododowo 14:12

Amea ɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.

Lododowo 15:26-27

Tameɖoɖo vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nya dzeto dzana le eŋku me. Amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe.

Lododowo 16:5

Dadalawo katã nye ŋunyɔ na Yehowa. Mine mítso gbe; ne woahagbe tohehe na wo fi!

Lododowo 16:28

Alakpatɔ dea dzre aƒe, eye sakplitɔ mãa xɔlɔ̃wo dome.

Lododowo 17:13

Amesi tsa vɔ̃ ɖo nyui teƒe la, dzɔgbevɔ̃e mate ɖa le eƒe me o.

Lododowo 17:15

Amesi tso afia nyui na ame vɔ̃ɖi kple amesi bu fɔ ame dzɔdzɔe la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye na Yehowa.

Lododowo 19:5

Aʋatsoɖasefo metsi tomahe o, eye amesi nu alakpa ɖona le la, masi o.

Lododowo 24:9

Bometsila ƒe tameɖoɖo enye nuvɔ̃, eye fewuɖula enye ŋunyɔ na amegbetɔwo.

Lododowo 26:28

Alakpaɖe léa fu amesiwo dome wògblẽ keŋkeŋ la, eye nu zɔzrɔ̃e hea gbegblẽ vɛ.

Lododowo 28:9

Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.

Lododowo 28:13-14

Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu. Woayra ŋutsu, si le vɔvɔ̃ dzi daa, ke amesi sẽ eƒe dzi me goŋgoŋ la, adze dzɔgbevɔ̃e me.

Lododowo 29:12

Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã.

Lododowo 30:12

nenema nye dzidzime, si buna be, yedza, gake mele eƒe ɖiƒoƒo kpɔm o;

Nyagblɔla 7:9

Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.

Nyagblɔla 7:20

Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.

Nyagblɔla 12:13-14

Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ! Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.

Yesaya 1:16

Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!

Yesaya 1:18

Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.

Yesaya 1:28

Woagbã godzelawo kple nuvɔ̃wɔlawo siaa nyanyanya, eye amesiwo trɔ le Yehowa yome la nu ayi.

Yesaya 3:9

Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.

Yesaya 5:20-21

Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotso kekeli wo vivitii, amesiwo tsoa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wo vevee! Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me.

Yesaya 5:24

Eyata woƒe ke azu nu nyunyɔ abe ahɔ̃liti takpoe, si dzo ƒe aɖe fiã, kple gbe ƒuƒu, si nye afi ɖe dzo me la ene, eye woƒe seƒoƒo ami ya abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa Zebaot ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe kɔkɔeto la ƒe nyawo ŋu.

Yesaya 13:11

Matu xexeame ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ame vɔ̃ɖiwo ƒe vodada ŋu fe na wo, mana dadalawo ƒe dada nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.

Yesaya 30:9

Elabena dukɔ sẽto, vi dalakpa, vi, siwo gbe Yehowa ƒe nufiamewo sese la, wonye;

Yesaya 32:6-7

Elabena bometsila gblɔa bometsinya, eƒe dzi hea dzɔgbevɔ̃e va aƒee, ne wòawɔ nu tovo ahagblɔ nya trama ɖe Yehowa ŋu, wòana dɔwuitɔwo natsi domeɣi, eye nunono nahiã tsikɔwuitɔwo. Ayetɔ ɖoa ta me vɔ̃ɖi, edea adaŋu vɔ̃ be, yeatsɔ alakpanya agblẽ hiãtɔwoe, nenye be, ame dahe la to nya dzɔdzɔe hã.

Yesaya 43:25-26

Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o. Do ŋku edzi nam, na míahe nya kple mia nɔewo; to wò nyawo, ne towo nadzɔ.

Yesaya 53:5-6

Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí. Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.

Yesaya 56:11

Do le avũawo wum vevie, eye womenya ƒoɖiɖi o, lãkplɔvi, siwo mele ɖeke nyam o la, wonye; wo katã wòlé woƒe mɔ, eye wo dometɔ ɖesiaɖe le eƒe viɖe yome dim le goawo katã me.

Yesaya 57:4

Ameka ŋu miele fefem le, ameka ŋu mieke nu ɖo baa, eye miedo aɖe ɖe go biɖaa ɖo? Ɖe menye godzelawo ƒe dzidzimeviwo kple alakpaviwo mienye,

Yesaya 59:2-4

ke boŋ miaƒe vodadawoe klã mia kple miaƒe Mawu dome, eye miaƒe nuvɔ̃woe na be, wòɣla ŋku me ɖe mi, be magaɖo to mi o. Elabena ʋu ƒo asi na mi, eye vodada le míaƒe asibidewo ŋu, miaƒe nuyiwo daa alakpa, eye miaƒe aɖewo gblɔa nya tovo. Amea ɖeke meli, si biaa dzɔdzɔenyenye ta sena o, eye ame ɖeke medrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe o, woɖoa ŋu ɖe nu dzodzroa ŋu, eye wodaa alakpa, wofɔa hiãkame ƒe fu hetsɔa dzɔgbevɔ̃e dzina.

Yesaya 64:6

Mí katã miele abe ame makɔmakɔwo ene, eye miaƒe dzɔdzɔenyenyewo katã le abe avɔ, si ƒo ʋu ene; mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe vodadawo lɔ mí ɖe nu abe ya ene.

Yeremya 2:22

Aƒetɔ Yehowa be: Ne èle aɖitsi lem, eye nèle adzalẽ geɖe ŋu dɔ wɔm hã, wò vodadawo nye ɖiƒoƒo le ŋkunye me

Yeremya 3:13

Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese.

Yeremya 3:25

Míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi; elabena mia kple mía fofowo míewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu tso míaƒe ɖevime vaseɖe egbe, eye míeɖo to Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe o.

Yeremya 4:14

Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?

Yeremya 6:15

Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ ŋunyɔnu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe!

Yeremya 6:19

Anyigba, see! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi wòanye woƒe tamesusuwo ƒe kutsetse, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la.

Yeremya 7:8-10

Kpɔ ɖa, miele dzi ɖom ɖe alakpanya, si mele ɖeke me o la ŋuti. Nuka? Miele fifim, le ame wum, le ahasi wɔm, le atam dzodzro kam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo mienya o tso, hafi mievana hetsia tre ɖe ŋkunye me le aƒe sia, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me henɔa gbɔgblɔm be: „Mía ŋu vo“, ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã?

Yeremya 8:5

Nukaŋuti dukɔ sia, si nye Yerusalem, dze go ɖikaa? Woku ɖe alakpadada ŋu, eye wogbe tɔtrɔ.

Yeremya 8:6

Meƒu to anyi, eye mese be, womelé nu ƒom ɖe eteƒe o; amea ɖeke meli, si eƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ venɛ wògblɔna be: Nuka nye esi mehewɔ hã o! Amesiame lé eƒe ma abe so, si lu ɖe aʋa me ene.

Yeremya 9:3-5

Yehowa be: Wotsɔa alakpa vua woƒe aɖekawo mee abe dati ene, eye menye nyateƒetotoe nana wokpɔa ŋusẽ le anyigba dzi o. Elabena wohona tsoa vodada gbɔyia vodada gbɔ, ke nye la, womedzea sim o. Amesiame nekpɔ eɖokui dzi nyuie le ehavi ŋu, eye megaɖo ŋu ɖe nɔvia ɖeke ŋu o; elabena nɔvi sia nɔvi enye ayetɔ, eye xɔlɔ̃ sia xɔlɔ̃ enye ame gɔmezɔla. Amesiame flua ehavi, eye wometoa nyateƒe o; wona alakpadada ma woƒe aɖe, eye wokua kutri le nu tovo wɔwɔ me.

Yeremya 9:8

Aŋutrɔ wuame enye woƒe aɖe, eye wodaa alakpa; wotsoa woƒe aɖe gblɔa nya fafɛ na wo havi, ke aye le woƒe dzi me.

Yeremya 9:13-14

Yehowa be: Esi wogblẽ nye se, si metsɔ ɖo wo ŋku me la ɖi, womeɖo to nye gbe o, eye womezɔ ɖe enu o, ke boŋ wodze woƒe dziwo ƒe tamesesẽ kple Baalwo yome, abe alesi wo fofowo fia wo ene la,

Yeremya 14:7

Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.

Yeremya 14:20

Yehowa, míedze si miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple mía fofowo ƒe vodadawo be, miewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò.

Yeremya 17:9

Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?

Yeremya 23:14

Ke mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã le nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene.

Yeremya 44:4

Eye meɖo nye dɔla nyagblɔɖilawo katã de mi ɖaa atraɖii gblɔ bena: Migawɔ ŋunyɔnu sia, si melé fui la o.

Yeremya 44:22

Eye esi etsɔtsɔ ti Yehowa, le miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu, siwo miewɔ ta la, eyata miaƒe anyigba zu aƒedo, gbegbe kple ɖiŋudonu, eye ame vɔ le edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene!

Xezekiel 3:7

Ke Israel ƒe aƒe la mele to ɖo ge wò o, le esi wogbe toɖoɖom ta; elabena ŋgonu kplala kple dzi kuatri li na Israel ƒe aƒe blibo la.

Xezekiel 16:36

Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nètso wò gbolowɔwɔ kple wò ahiãviwo kpakple wò legba nyɔŋuawo katã, siwo nètso viwòwo ƒe ʋu na la, hewɔ be, wò ŋukpe gbagba ƒo ɖi, eye wò ama dze la,

Xezekiel 16:49

Kpɔ ɖa, nɔviwònyɔnu Sodom ƒe vodada enye: Dàda kple nuɖuɖu fũ, eye eya kple nɔvianyɔnuwo nɔ agbe vivi bɔkɔɔ; ke mekpe ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.

Xezekiel 18:4

Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.

Xezekiel 18:20

Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi.

Xezekiel 18:21-23

Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna la me, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewoa nu dzodzoe kple nusi le eteƒe la, ana agbe, maku o. Womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o, ke boŋ ana agbe le eƒe nu dzodzoe, siwo wòwɔna la ta. Aƒetɔ Yehowa be: Ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea? negbe ne etrɔ tso eƒe mɔwo dzi, be wòanɔ agbe la koe!

Xezekiel 18:24

Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo.

Xezekiel 18:26

Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔa nu gbegblẽ la, aku ɖe esia ta; eƒe nu gbegblẽ, si wòwɔna la tae wòaku ɖo.

Xezekiel 18:27-28

Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi, si wòwɔ ŋu hewɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, axɔ eƒe luʋɔ ɖe agbe. Eye ne edze sii, eye wòɖe asi le eƒe dzi, siwo katã wòda ŋu la, anɔ agbe, maku o.

Xezekiel 18:30-32

Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mia dome amesiame ɖe eƒe zɔzɔme nu. Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋu, miɖe asi le wo ŋu, ne vodadawo maganye mɔ̃ na mi o! Miɖe miaƒe dzi, siwo katã mieda ɖe ŋunye la ɖa, eye miwɔ dzi yeye kple gbɔgbɔ yeye na mia ɖokui. Israel ƒe aƒe, nukaŋuti miehe, yewoaku? Aƒetɔ Yehowa be: Elabena ame ƒe ku mevivia nunye o. Eyata mitrɔ ta me, ne mianɔ agbe!

Xezekiel 20:43

Míado ŋu miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo katã, siwo mietsɔ gblẽ ko ɖo na mia ɖokui la, le afima, eye miava ŋu nyo ge na mia ɖokui le nu vɔ̃ɖi, siwo katã miewɔ la ta.

Xezekiel 33:18-19

Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, esia tae wòaku ɖo. Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu hewɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, esia tae wòana agbe ɖo.

Xezekiel 33:26

Miele dzi ɖom ɖe miaƒe yiwo ŋu, miewɔ ŋunyɔnu, eye amesiame gblẽ kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ tso, hafi miebe, anyigba la nanye yewo tɔa?

Hosea 4:2

Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.

Amos 2:4

Ale Yehowa gblɔ esi: Le Yuda ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe akee o; elabena wogbe Yehowa ƒe se, eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wona woƒe alakpalegba, siwo yome wo fofowo dze la, kplɔ wo trae.

Mixa 6:11-12

Ɖe matso afia na ame, ne nuɖanu madzɔmaɖzɔ li, eye nudakpe amebatɔ le akplo mea? Elabena woƒe kesinɔtɔwo yɔ fũ kple ŋulasesẽ, duametɔwo ka aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.

Maleaxi 3:5

Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Mateo 1:21

Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.

Mateo 3:5-6

Tete wotso Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Yordan-nutowo katã me godoo va egbɔ. Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.

Mateo 5:21-22

Miese wogblɔ na blematɔwo bena: Megawu ame o; ke amesi ke awu ame la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃. Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.

Mateo 5:27-30

Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me. Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dome ɖeka nagblẽ, wu esi woatsɔ wò ame blibo la katã aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. Eye ne wò nuɖusi ɖia nu wò la, lae ɖa le ŋutiwò, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka nagblẽ, wu esi wò ame blibo la katã nagblẽ le dzomavɔʋe la me.

Mateo 5:31-32

Wogblɔ hã bena: Amesi aɖe asi le srɔ̃a ŋu la, nena kaklãgbalẽe; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eva menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le la, ewɔ ahasi.

Mateo 5:48

Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.

Mateo 6:13

Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.

Mateo 6:14-15

Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã. Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.

Mateo 7:17-20

Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ale manyomanyo tsea ku manyomanyo. Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si wòe!

Mateo 7:21-23

Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!

Mateo 12:31-32

Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo; ke busunya ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti la, womatsɔe ake o. Eye ne amea ɖe agblɔ nya ɖe amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke amesi ke agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le xexe sia alo esi lava, va la me o.

Mateo 12:36-37

Eye mele egblɔm na mi bena; Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, wòabu akɔnta le eŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi. Elabena wò nyawo woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawo woatsɔ abu fɔ wò.

Mateo 15:19

Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.

Mateo 16:26

Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

Mateo 18:6

ke amesi ke laɖia nenem ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ bena, woatsɔ té atsi ɖe ko nɛ, eye woatsɔe aɖa ɖe ƒu ƒe gogloƒe, be wòano tsi aku.

Mateo 18:8-9

Ke ne wò asi alo wò afɔ ɖia nuwò la, lae ɖa, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo alo abɔkpo wu esi aba eve alo afɔ eve anɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me. Eye ne wò ŋku ɖia nuwò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka, wui esi ŋku eve nana asiwò, eye woatso wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.

Mateo 18:15-17

Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò. Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi. Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.

Mateo 18:21-22

Tete Petro va egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã? Halase zi adre loo? Yesu gblɔ nɛ bena: Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi adre teƒe blaadre.

Mateo 18:35

Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.

Mateo 19:9

Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi.

Mateo 19:16-19

Eye kpɔ ɖa, amea ɖe va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nufiala, nu nyui ka mawɔ, ne makpɔ agbe mavɔ mahã? Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nèle biayem le nyuie ŋuti mahã? Amea ɖeke mele nyuie o negbe Mawu ɖeka ko; ke ne èle didim bena, yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi. Eye wòbena: Kawoe? Yesu gblɔ nɛ bena: Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o. Bu fofowò kple dawò, eye nalɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.

Mateo 23:25

Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mieklɔa kplu kple agba ŋuti, ke wo me yɔ fũ kple adzodada kple aɖifuɖiɖuɖu.

Mateo 24:12

Eye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.

Mateo 26:28

elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la ta, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.

Mateo 26:41

Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.

Marko 1:4-5

Yohanes va do, amesi de mawutsi ta na amewo le gbeadzi, eye wòɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃keke. Eye amesiwo le Yudea-nyigba dzi, kple Yerusalemtɔwo katã do go va egbɔ, eye wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, esi woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ.

Marko 1:15

Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vo. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixa nyanyuie la dzi se!

Marko 7:20-23

Eye wògblɔ bena: Nusi ke doa go tsoa ame me la, eya ƒoa ɖi ame. Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ; nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tsoa eme ke, eye woƒoa ɖi ame.

Marko 9:43-44

Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.

Marko 9:45-46

Ke ne wò afɔ ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò be, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afa eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.

Marko 9:47-48

Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme; enyo na wò bena, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu esi ŋku eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.

Marko 10:17-19

Eye esi wòdze mɔ dzi la, amea ɖe si du va dze klo ɖe eƒe akɔ me, eye wòbiae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, bena manyi agbe mava la dome mahã? Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem bena nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko. Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.

Marko 11:25

Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.

Marko 11:26

Ke ne mietsɔe ke o la, ekema mia Fofo, si le dziƒowo la, matsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi o.

Marko 14:38

Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o! Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.

Luka 1:77

be nana xɔxɔ ƒe nyanya le woƒe nuvɔ̃tsɔtsɔke me

Luka 3:3

Eye wòva Yordan-nutowo katã me godoo hele gbe ƒã ɖem dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃wo ƒe keke;

Luka 5:31-32

Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiãa gbedala o, negbe dɔlélawo ko. Nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko hena dzimetɔtrɔ.

Luka 7:47-49

Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wolɔ̃na. Eye wògblɔ nɛ bena: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò! Tete amesiwo le kplɔ̃a ŋuti kplii ta, de asi gbɔgbɔ me le woa ŋutɔ ɖokui me bena: Amekae nye esia, si tsɔa nuvɔ̃wo hã kena mahã?

Luka 8:13

Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe.

Luka 11:4

Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!

Luka 15:7

Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.

Luka 15:10

Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.

Luka 16:30-31

Eye wògbɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne amea ɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, wòatrɔ le woƒe dziwo me. Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.

Luka 17:3-4

Mikpɔ mia ɖokui dzi! Ne nɔviwò wo nuvɔ̃ la, ka ŋku me nɛ; eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee. Eye ne ewo nuvɔ̃ ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wògatrɔ zi adre va ɖe kuku na wò la, tsoe kee.

Luka 18:13

Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!

Luka 18:18-20

Eye amegãa ɖe va biae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ la dome mahã? Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem be nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko. Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò.

Luka 24:47

eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.

Yohanes 1:29

Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!

Yohanes 3:14-21

Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ. Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi. Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o. Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. Ke amesi woa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.

Yohanes 5:14

Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.

Yohanes 8:4-11

hegblɔ ne bena: Nufiala, wolé nyɔnu sia le ahasiwɔwɔ me ke. Eye Mose de se na mi le se la me bena, woaƒu kpe amesia tɔgbe: azɔ wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã? Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba. Eye esi wogale ebiabia dzi la, efɔ kɔ te, eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke nuvɔ̃ mele eŋuti le mia dome o la, netre kpe la fɔfɔ ƒui. Eye wògado dɔgɔ̃e hetsɔ eƒe asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba. Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina. Eye esi Yesu fɔ kɔ te, eye mekpɔ amea ɖeke o negbe nyɔnua ko la, egblɔ nɛ bena: Nyɔnu, afika amesiwo le nuwò tsom la le? Ɖe amea ɖeke mebu fɔ wò o mahã? Eye wògblɔ bena: Amea ɖeke o, Aƒetɔ. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi, eye tso esia dzi la megawɔ nuvɔ̃ o.

Yohanes 8:24

Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.

Yohanes 8:34

Yesu ɖo ŋu na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le nuvɔ̃ wɔm la, nuvɔ̃ ƒe kluvi wònye.

Yohanes 9:31

Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.

Yohanes 12:48

Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.

Yohanes 14:15

Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.

Yohanes 16:8-11

Eye ne eyama va la, aƒoe ɖe xexeame nu le nuvɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti: Le nuvɔ̃ ŋuti, elabena womexɔa dzinye sena o; le dzodzoenyenye ŋuti, elabena meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm o; le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti, elabena wòdrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.

Dɔwɔwɔwo 2:38

Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.

Dɔwɔwɔwo 3:19

Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,

Dɔwɔwɔwo 7:51

Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.

Dɔwɔwɔwo 8:22

Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò.

Dɔwɔwɔwo 22:16

Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi.

Romatɔwo 1:18

Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.

Romatɔwo 1:24-27

Eyata le woƒe dziwo ƒe nudzodzrowo me la Mawu tsɔ wo de asi na makɔmakɔnyenye, bene woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo le wo nɔewo dome; amesiwo tso Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsokaka, eye wovɔ̃, eye wosubɔ nuwɔwɔ wu wɔla, si wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen. Eyaŋuti Mawu tsɔ wo de asi na ahɔhlɔ̃bɔbɔ yomenɔnɔ; elabena woƒe nyɔnuwo tsɔ dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o; nenema ke woƒe ŋutsuwo hã gblẽ nyɔnuwo ƒe dzɔdzɔmekɔnu ɖi, eye wofiã le woƒe fiẽŋufiẽŋui me ɖe wo nɔewo ŋu, eye ŋutsu kple ŋutsu wɔ ŋukpenanuwo, eye wokpɔ woƒe vodada ŋuti fetu, si dze wo la, le wo ɖokui ŋu.

Romatɔwo 1:28-32

Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o; amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa; sakplisalawo, ameŋuzɔlawo, amesiwo léa Mawu ɖe lu me, vlodolawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, amesiwo toa nu vɔ̃ɖi vɛ, amesiwo meɖoa to woƒe dzilawo o, ame masenugɔmewo, nubabladzidalawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle kple ame makpɔnublanuiwo; amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.

Romatɔwo 2:1

Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.

Romatɔwo 2:8-9

ke amesiwo lɔ̃a dzrehehe, eye womeɖoa to nyateƒe la o, hafi woɖoa to madzɔmadzɔnyenye boŋ la, wo tɔ anye dziku kple dɔmedzoe: Xaxa kple momenuveve ava amesiame, si le vɔ̃ wɔm la ƒe luʋɔ dzi, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã;

Romatɔwo 2:16

le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.

Romatɔwo 3:9-12

Azɔ la, aleke wòle? Ɖe mia tɔ ƒo ame bubuwo tɔ ta mahã? O, mele nenema kura o; elabena mietso Yudatɔwo kple Helatɔwo nu da ɖi bena, wo katã wole nuvɔ̃a te, alesi woŋlɔ ɖi bena: „Ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o. Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o! Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.

Romatɔwo 3:18-19

Mawuvɔvɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na wo o.“ Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.

Romatɔwo 3:20

Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.

Romatɔwo 3:23-25

elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim, eye wotso afia na wo faa le eƒe amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu ta la me, amesi Mawu ɖe avulénu to xɔse me le eƒe ʋu la me, bene yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã la dzi, le esime Mawu ɖo dzi la ŋuti,

Romatɔwo 4:7

Woayra amesiwo wotsɔ woƒe dzidadawo ke wo la, kple amesiwo wotsyɔ nu woƒe nuvɔ̃wo dzi la;

Romatɔwo 5:8-9

Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me.

Romatɔwo 5:12-13

Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la; elabena vaseɖe sededeŋɔli ke nuvɔ̃ le xexeame, gake ne se meli o la, womebua nuvɔ̃ o;

Romatɔwo 5:20-21

Ke se la va tra ɖe eme, bene vodada la nasɔ gbɔ ɖe dzi; ke afisi nuvɔ̃ la sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ geɖe wu, bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.

Romatɔwo 6:1-3

Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo ɖe miaganɔ nuvɔ̃ me, bene amenuveve la nasɔ gbɔ ɖe dzia? Gbeɖe! Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme mahã? Alo ɖe mienyɛ bena, mí amesiwo katã wode mawutsi ta na ɖe Kristo Yesu me la, ɖe eƒe ku mee wode mawutsi ta na mí ɖo o mahã?

Romatɔwo 6:4-7

Eyaŋuti esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakple bene abe alesi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke miawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me. Elabena ne míezu ɖeka kplii hena sɔsɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me; esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o. Elabena amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me.

Romatɔwo 6:7-11

Elabena amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me. Ke ne mia kple Kristo mieku la, miexɔe se bena, mia kplii mianɔ agbe hã; elabena mienyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpa o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o. Elabena esi wòku la, eku na nuvɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me.

Romatɔwo 6:12-14

Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o. Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ? Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.

Romatɔwo 6:15-16

Ekem aleke wòle? Esi miegale se la te o, hafi amenuveve la te boŋ míele ŋuti la, miaganɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe! Ɖe mienyae bena, amesi mietso mia ɖokui wɔ kluvi na, bene miaɖo toe la, miezu amesi mieɖoa toe la ƒe kluviwo, eɖanye nuvɔ̃ tɔ hena ku o alo toɖoɖo to hena dzɔdzɔenyenye o mahã?

Romatɔwo 6:17-19

Ke woada akpe na Mawu bena, míenye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke azɔ la tso dzi me mieɖoa to nufiafia ƒe nɔnɔme, si wotsɔ mi de asi na la. Ke esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe la, wotsɔ mí wo dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwoe. Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.

Romatɔwo 6:20-21

Elabena esime mienye nye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã la, mievo tso dzɔdzɔenyenye si me. Ekema kutsetse kae no mia si le ɣemaɣi mahã? Kutsetse, siwo kpea ŋu na mi azɔ; elabena nu kemawo ƒe nuwuwu enye ku.

Romatɔwo 6:22-23

Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ. Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.

Romatɔwo 7:5-6

Elabena esime míele ŋutilã me la, nuvɔ̃wo ƒe nudzodzro wuamenu, siwo dzo tso sea me la, sẽ ŋu ŋutɔ le míaƒe ŋutinuwo me, bene míatse ku na ku; ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.

Romatɔwo 7:7-11

Azɔ nuka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nuvɔ̃a? Gbeɖe! Gake nyemedze si nuvɔ̃ la o, negbe to sea me ko; elabena nyemenya ŋubiabiã la hã o, ne menye se la mee wogblɔ le o be; „Megabiã ŋu o!“ Ke esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eho ŋubiabiãwo katã ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, nuvɔ̃ ku. Ke nye la mena agbe semanɔsitɔe tsã; ke esi sedede va la, nuvɔ̃ la gbɔ agbe, ke nye la meku, eye wokpɔe bena, se, si wode hena agbe la, eya ke zu ku nam. Elabena esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eblem, eye wòtso eya ke hewum.

Romatɔwo 7:8

Ke esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eho ŋubiabiãwo katã ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, nuvɔ̃ ku.

Romatɔwo 7:13

Ekem ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Hafi nuvɔ̃ la boŋ ye, bene wòadze ƒã abe nuvɔ̃ ene, tso nu nyui la wo ku nam, bene nuvɔ̃ la navɔ̃ɖi ɖe dzi ŋuta to sedede la me.

Romatɔwo 7:14-20

Elabena míenyae bena, se la nye gbɔgbɔmenu, ke nye la ŋutilã me menye, wotsɔm ƒle ɖe nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ te. Elabena nusi ke mewɔna la, nyemenyae o; elabena menye nusi melɔ̃na la, mewɔna o, ke nusi meléa fu la, eya ke mewɔna. Ke ne nusi ke nyemelɔ̃na o lae mewɔna la, ekema melɔ̃a sea dzi bena, enyo. Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye lae. Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o. Elabena menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ. Ke ne mewo nusi nyemelɔ̃na o la, ekema meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye boŋ.

Romatɔwo 7:21-25

Eyata azɔ mekpɔ se sia bena, esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye. Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me. O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã? Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ, la dzi! Eyata azɔ nye ɖeka ma ke metsɔa nyasã la subɔa Mawu ƒe se la, ke metsɔa ŋutilã la subɔa nuvɔ̃ ƒe se lae.

Romatɔwo 8:1-8

Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si. Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me, bene woawu sea ƒe dzɔdzɔenyenye la nu le mí, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me. Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina. Elabena ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa; eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o. Ke amesiwo noa anyi le ŋutilã me la, womate ŋu adze Mawu ŋu o.

Romatɔwo 8:12-13

Eyata azɔ nɔviwò, fenyilawo míenye, menye ŋutilã si mienyi fe le, bene míanɔ agbe le ŋutilã nu o; elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe.

Romatɔwo 11:27

eye esiae nye nubabla, si le mía kpli wo dome, ne maɖe woƒe nuvɔ̃wo ɖa la.“

Romatɔwo 12:9

Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!

Romatɔwo 13:9

Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“

Romatɔwo 13:13-14

Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasi wɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o; hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.

Romatɔwo 14:10

Ke wò la, nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mi katã míava nɔ tsitre ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.

Romatɔwo 14:23

Ke amesi le ɖi kem, ne eɖui la, wobu fɔe, elabena èwɔ nusi metso xɔse me o; ke nusianu, si metso xɔse me o la, nuvɔ̃ wònye.

Romatɔwo 16:17-18

Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ. Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.

Korintotɔwo I 3:16-17

Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa? Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.

Korintotɔwo I 5:9-13

Meŋlɔe na mi le agbalẽ la me bena, migaɖe ha kple ahasiwɔlawo o. Ke menye xexe sia me ahasiwɔlawo alo ŋubiãlawo alo adzodalawo alo trɔ̃subɔlawo mewɔnɛ kura o, anye ne ɖeko miadzo le xexeame. Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o. Elabena nya kae le mia kple amesiwo le egodo la dome bena, madrɔ̃ ʋɔnu wo mahã? Alo miawo la, ɖe miedra ʋɔnu amesiwo le eme la gã oa? Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!

Korintotɔwo I 6:9-11

Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.

Korintotɔwo I 6:18-20

Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti. Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa? Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu!

Korintotɔwo I 10:8-12

Migana miawo ahasi, abe alesi wo dome amea ɖewo wo ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsra le ŋkeke ɖeka dzi ene la o. Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o. Migali liʋiliʋi, abe alesi wo dome amea ɖewo li liʋiliʋi, eye nugblẽla tsrɔ̃ wo ene la o. Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la. Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.

Korintotɔwo I 10:13

Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.

Korintotɔwo I 15:3-4

Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu,

Korintotɔwo I 15:33-34

Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo. Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.

Korintotɔwo I 15:56

Elabena ku ƒe ti enye nuvɔ̃, ke nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la.

Korintotɔwo 5:10

Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.

Korintotɔwo 5:21

Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.

Korintotɔwo 7:1

Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.

Korintotɔwo 12:20-21

Elabena mele vɔvɔ̃m bena, ne meva mia gbɔ la, nyemakpɔ mi abe alesi mele didim ene o, eye miawo la míakpɔ nye hã, abe alesi miele didim o ene; bena dzrewɔwɔwo, ŋuʋaʋãwo, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, ameŋuzɔzɔwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, nyamanyamawɔwɔwo anɔ anyi, bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.

Galatiatɔwo 3:22

Ke ŋɔŋlɔ la tu nuwo katã nu ɖe nuvɔ̃ te, bene woatsɔ ŋugbedodo la tso Kristo dzixɔxɔse me na amesiwo xɔna sena la.

Galatiatɔwo 5:16-18

Ke mele egblɔm be: Miza le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wo ge o. Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o. Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale sea te o.

Galatiatɔwo 5:19-21

Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.

Galatiatɔwo 5:24-25

Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu. Ke ne mienɔ agbe le Gbɔgbɔ me la, minɛ míazɔ le Gbɔgbɔ me hã.

Galatiatɔwo 6:1

Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.

Galatiatɔwo 6:7-8

Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.

Efesotɔwo 1:7

amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,

Efesotɔwo 2:1-3

Eye wògba agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me, esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli le nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu — amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. —

Efesotɔwo 4:17-19

Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o, amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, amesiwo, esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woano makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.

Efesotɔwo 4:22-24

bena miaɖe ame xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu, si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe nudzodzrowo me la ɖa; ke boŋ mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me, eye mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.

Efesotɔwo 4:31

Mina woaɖe veve helĩhelĩ kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.

Efesotɔwo 5:3-6

Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple ŋukpeanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o, negbe akpedada boŋ. Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o. Migana amea ɖeke natsɔ nya ƒuƒlu able mi o; elabena nusia ŋuti Mawu ƒe dziku la va vi sẽtowo dzi ɖo.

Efesotɔwo 5:11-12

eye migade ha kple viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o la o, ke mihe nya ɖe wo ŋu boŋ. Elabena nusiwo wowɔ le ɣaɣlaƒe la, enye ŋukpe be woaƒo nu le wo ŋuti gɔ̃ hã.

Efesotɔwo 5:18

Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,

Kolosetɔwo 1:21-22

Eye mi amesiwo nye ame tutɔwo kple ketɔwo le miaƒe tamesusu me le dɔwɔwɔ vɔ̃wo me tsã la; ke azɔ la elé avu le mia kplii dome le eƒe anyigba dzi ŋutilã la me to ku me, bene woatsɔ mi aɖo kɔkɔetɔwo kple mokaka manɔŋutɔwo kpakple fɔmabumabutɔwo le eƒe ŋku me,

Kolosetɔwo 3:5-9

Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ; nusiwo ta Mawu ƒe dziku va vi sẽtowo dzi ɖo, nusiwo me miawo hã miezɔ le tsã, esime mienɔ agbe le nusiawo me. Ke azɔ miawo hã miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me; migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,

Kolosetɔwo 3:25

Elabena amesi ke wɔa nu madzɔmadzɔ la, axɔ nu madzɔmadzɔ, si wòwɔ la ƒe fetu, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele eme o.

Tesalonikatɔwo I 4:3-4

Elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawo mia ɖokui kɔkɔe, eye miade mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi woade ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me;

Tesalonikatɔwo I 4:7-8

Elabena Mawu meyɔ mí na makɔmakɔnyenye o, ke boŋ na kɔkɔewɔwɔ. Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.

Tesalonikatɔwo I 5:21-23

Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi. Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me! Ke ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ kpakple ŋutilã blibo la katã ɖo mokaka manɔŋui halase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la!

Tesalonikatɔwo II 1:8

le dzo ƒe aɖe me, esime woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyuie la o,

Timoteo I 1:9-10

eye míenya esia bena, womena se ame dzɔdzɔe o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo kple ame mavɔ̃mawuwo, kple nuvɔ̃wɔlawo kple ame makɔmakɔwo kple ahɔhlɔ̃bɔlawo kple tɔwulawo kple nɔwulawo kple amewulawo kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti

Timoteo I 1:15-16

Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le. Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mava la.

Timoteo I 5:20

Amesiwo wɔ nuvɔ̃ la, ka mo na wo le amewo katã ŋku me, bene mamleawo hã navɔ̃.

Timoteo I 5:24

Amea ɖewo ƒe nuvɔ̃wo dze ƒã hedze wo ŋgɔ yi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ me, ke amea ɖewo hã li, siwo ƒe nuvɔ̃wo dze wo yome.

Timoteo I 6:9-10

Ke amesiwo ɖina be, yewoayi kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsoa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ amea ɖewo ɖi, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.

Timoteo II 3:2-7

Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ! Elabena amesiawo dome amea ɖewo li, siwo gena ɖe aƒewo me dzaa, eye woɖea aboyo nyɔnu abunetɔ, siwo yɔ fũ kple nuvɔ̃wɔwɔ, eye nudzodzro bubu ƒomevi geɖewo kplɔa wo yinɛ, amesiwo srɔ̃a nu ɖaa, eye womate ŋu ava nyateƒe ƒe sidzedze la gbɔ akpɔ o.

Timoteo II 3:13

Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.

Tito 1:16

Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.

Tito 3:3

Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.

Hebritɔwo 2:18

Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.

Hebritɔwo 3:13

ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔa ɖeke ƒe dzime o.

Hebritɔwo 3:15

Esime wògblɔ be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me ene o!“

Hebritɔwo 4:15

Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.

Hebritɔwo 10:14-18

Elabena vɔsa ɖeka wòtsɔ wɔ amesiwo ŋuti wokɔ la blibo halase tegbe. Ke Gbɔgbɔ kɔkɔe hã ɖi ɖase le eŋuti na mí; elabena esime wògblɔ be: „Esiae nye nu, si mabia kpli wo le ŋkeke siawo megbe la, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe dziwo me, eye woƒe tame hã maŋlɔ wo ɖo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo o.“ Ke afisi nuvɔ̃wo ƒe keke le la, vɔsa ɖe nuvɔ̃wo ta meganɔnɛ o.

Hebritɔwo 10:26-31

Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li. Ne amea ɖe do vlo Mose ƒe sea la, ekuna nublanui makpɔmakpɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu; fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã? Elabena míenyae amesi gblɔ be: „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe;“ eye wògagblɔ be: „Yehowa adrɔ̃ nɔnu eƒe dukɔ la.“ Enye ŋɔdzinu, ne amea ɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.

Hebritɔwo 12:1

Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,

Hebritɔwo 12:4

Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o;

Hebritɔwo 12:14

Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.

Hebritɔwo 13:4

Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.

Yakobo 1:12-16

Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la. Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea amea ɖeke kpɔna o. Ke wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku. Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana woable mi o:

Yakobo 1:21-22

Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la. Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o!

Yakobo 2:10

Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.

Yakobo 4:1-2

Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa? Ɖe menye afima wotso, tso miaƒe nudzodzro, siwo wɔa aʋa le miaƒe ŋutinuwo me la me o mahã? Miedzroa nu, eye miekpɔnɛ o; miewua ame, eye mieʋãa ŋu, eye miaƒe asi metea ŋu sua nu dzi o; miewɔa dzre, eye miewɔa aʋa; miate ŋu akpɔ naneke o; elabena miebiana o.

Yakobo 4:4-10

Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ. Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã? Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“ Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo! Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto. Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.

Yakobo 4:11-12

Nɔviwo, migadzu mia nɔewo o! Amesi ke dzua nɔvia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui la, edoa vlo se la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Ke ne edrɔ̃ ʋɔnu se la la, menye se la dziwɔla o, ke boŋ se la ƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye. Ame ɖeka koe nye sedela kple ʋɔnudrɔ̃la: Eyae nye amesi tea ŋu xɔa ame ɖe agbe, eye wògatea ŋu tsrɔ̃a ame. Ke wò la, ameka nènye hele ʋɔnu drɔ̃m hawòvi mahã?

Yakobo 4:17

Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.

Yakobo 5:20

nena woanyae bena, amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.

Petro I 1:14-16

eye abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o, ke boŋ abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: „Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.“

Petro I 2:1

Eyata miɖe vɔ̃ɖinyenye katã kple aɖaŋu vɔ̃ katã kple alakpadada kple ŋuʋaʋã kple ameŋuzɔzɔ katã ɖa,

Petro I 2:11

Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,

Petro I 2:24-25

Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la. Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.

Petro I 3:18

Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;

Petro I 4:1-3

Azɔ esi Kristo kpe fu ɖe mia ta le ŋutilã me ŋuti la, miawo hã mikpla tamesusu ma ke abe aʋawɔnuwo ene; elabena amesi kpe fu le ŋutilã me la, edzudzɔ nuvɔ̃wɔwɔ, bena miaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo le ɣeyiɣi, si susɔ be, mianɔ agbe le ŋutilã me la me o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;

Petro II 2:3-4

eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o. Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;

Petro II 2:9-10

ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo; ke vevietɔ amesiwo zɔna le ŋutilã nu le makɔmakɔnyenye ƒe nudzodzro la me, eye wodoa vlo aƒetɔnyenye la. Ame mabunuwo, ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo medzona nyanyanya, ne wogblɔ busunya ɖe ŋutikɔkɔewo ŋuti la o,

Petro II 2:14

ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.

Petro II 2:22

Eva me na wo le nyateƒe lododo la nu bena: „Avũ gbugbɔ yi ɖe ye ŋutɔ ƒe xeɖeɖe la gbɔ,“ eye „ha, si wole tsi na la, le mimlim yina ba me.“

Petro II 3:3

Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu,

Yohanes I 1:6-10

Ne míegblɔ bena, míedo ƒome kpakplim eye gake miegale viviti me zɔm la, ekema aʋatso kam míele, eye menye nyateƒe dzi wɔm míele o; ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti. Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o. Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti. Ne míegblɔ bena, míewɔa nuvɔ̃ o la, ekema míeɖo eyama aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mia me o.

Yohanes I 2:1-6

Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti. Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae. Amesi ke gblɔ bena, yenyae, eye gake melé eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o. Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me. Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.

Yohanes I 2:11

Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.

Yohanes I 2:12

Viwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena wotsɔ nuvɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ ta.

Yohanes I 2:15-17

Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.

Yohanes I 3:4-10

Amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, edaa se hã dzi, eye nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ. Eye mienyae bena, eyama ɖe eɖokui fia, bene yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ayii, eye nuvɔ̃a ɖeke mele eya me o. Amesiame, si nɔa eya me la, mewɔa nuvɔ̃ o; amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, mekpɔ eyama o, eye medze si eyama hã o. Viwo, migana amea ɖeke naflu mi o: Amesi ke le nu dzɔdzɔe wɔm la, ame dzɔdzɔe wònye, abe alesi eya hã nye dzɔdzɔetɔ la ene. Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo. Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso. Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.

Yohanes I 3:15

Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.

Yohanes I 3:17

Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?

Yohanes I 4:10

Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo mielɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.

Yohanes I 5:16-18

Ne amea ɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃a ɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o. Madzɔmadzɔnyenye katã enye nuvɔ̃, eye nuvɔ̃a ɖe li, si mahe ame ayi ku mee o. Míenyae bena, amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; ke amesi wodzi tso Mawu me la, eya léa eɖokui nyuie, eye vɔ̃ɖitɔ la mekaa asi eŋu o.

Yohanes II 1:9-11

Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.

Yuda 1:15

bene wòaɖrɔ ʋɔnu wo katã, eye woaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔ̃a Mawu o la, le woƒe dɔwɔwɔ vlo, siwo katã wowɔ mawumavɔ̃mavɔ̃e kple nya sesẽ, siwo katã nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ ɖe eŋuti la ta.

Yuda 1:16

Amesiawo nye liʋiliʋililawo, amesiwo ŋu naneke medzena o, evɔ wozɔna le woƒe nudzodzrowo nu hafi, woƒe nu gblɔa dadalawo, eye wokafua ame le eƒe ŋku me le viɖe ta.

Nyaɖeɖefia 2:16

Azɔ trɔ le wò dzi me: ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò.

Nyaɖeɖefia 2:21

Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o.

Nyaɖeɖefia 3:15-16

Menya wò dɔwɔwɔwo bena, mefa hã o, mèdze dzo hã o. Ɖe medi be, ɖewo nafa alo nadze dzo. Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me.

Nyaɖeɖefia 9:21

Eye wometrɔ tso woƒe hlɔ̃dodowo kple woƒe afakakawo kple woƒe ahasiwɔwɔwo kpakple woƒe fififiwo me o.

Nyaɖeɖefia 18:4-5

Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o, elabena eƒe nuvɔ̃wo ko yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.

Nyaɖeɖefia 20:11-12

Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o. Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.

Nyaɖeɖefia 21:8

Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.

Nyaɖeɖefia 21:27

Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.

Nyaɖeɖefia 22:11

Amesi ke wɔa vɔ̃ la, neno vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nena nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.

Nyaɖeɖefia 22:15

Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net