19 – Sɔlemeha
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Sɔlemeha.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Sɔlemeha.
Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.
”Neganɔ nenema le mia dome o; ke amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla; abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.
”Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo. Eye xɔsetɔwo ƒe ha ƒe dzi kple luʋɔ le ɖeka, eye wo dome amea ɖeke meyɔa nusiwo le esi la be ye tɔ o; ke nuwo katã nye hamenu na wo. Eye apostolowo ɖi ɖase kple ŋusẽ gã le Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi la ŋuti, eye amenuveve gã le wo katã dzi. Elabena hiãtɔa ɖeke mele wo dome o; elabena ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ, eye wotsɔe ɖa ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.
”Eye wòyɔ gblɔ bena: Ŋɔdziƒe ka enye si! Afi sia menye afia ɖeke o, negbe Mawu ƒe aƒe kple dziƒogbo ko wonye.
”Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.
”Le ŋkeke me la Yehowa zɔa wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me, bena wòafia mɔ wo; eye le zã me la eklẽna na wo le dzobibia ɖe me, bena woate ŋu azɔ zã kple keli. Ŋkeke me la alilikpo dodo la medzona le dukɔ la gbɔ o, eye le zã me la dzobibi la nɔa wo ŋgɔ.
”Azɔ ne míaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tanye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee. Eye mianye; nunɔlawo ƒe fiaduƒe kple dukɔ kɔkɔe nam! Esiawo nye nya, siwo nagblɔ na Israel-viwo.
”Eye nunɔla, siwo ate ɖe Yehowa ŋu hã, nawɔ wo ɖokui dzadzɛ, bena Yehowa magaɖe gbe ɖe wo dzi.
”Eye woawɔ nɔƒe kɔkɔe nam, bena manɔ wo dome.
”Ne me da, gake nye ŋku me la, amea ɖeke makpɔe akpɔ o. Mose yi ɖe agbadɔ la me la, alilikpo dodoa ɖe ɖina va nɔa agbadɔ la nu, eye wòƒoa nu kple Mose. Eye ne dukɔ blibo la kpɔ alilikpo dodo la le agbadɔa nu la, dukɔ la katã tsia tre, eye amesiame dea ta agu ɖe eƒe agbadɔ nu. Eye Yehowa ƒɔ nu kple Mose ŋku me kple ŋku me, abe alesi ame kple xɔlɔ̃a ƒoa nui ene; emegbe egatrɔna yia asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua. Nun vi, amesi nye eƒe subɔla la, medzona le agbadɔ la me o.
”Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo. Miade vovo nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu madzɔmadzɔwo kple nu dzadzɛwo dome.
”Gbesigbe wotu nɔƒea la, alilikpo va tsyɔ agbadɔ, si me sea le la dzi, eye wòdzena le nɔƒe la dzi le fiẽ abe dzo ene vaseɖe ŋdi. Alea wònɔ ɖaa; alilikpo la tsyɔ edzi, eye wòdze le zã me abe dzo ene.
”Elabena tso gbesigbe mekplɔ Israel-viwo tso Egipte la, nyemenɔ xɔa ɖeke me vaseɖe egbe o, ke boŋ menɔ agbadɔ kple nɔƒe la me henɔa tsatsam.
”Etu xɔ sia nam; ne èzɔ le nye ɖoɖowo nu, ewo nye kɔnuwo dzi, eye nèlé nye sewo katã me ɖe asi hezɔ ɖe wo nu la, ekema mawɔ nye nya, si megblɔ na fofowò Dawid la, dzi na wò. Eye manɔ Israel-viwo dome, eye nyemagblẽ nye dukɔ Israel ɖi o.
”Eye wòva me, esime nunɔlawo do tso kɔkɔeƒea la, alilikpo ya Yehowa ƒe xɔ la taŋ; eye nunɔlawo mele ŋu no le, be woasubɔ o, le alilikpoawo ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Yehowa ƒe xa la taŋ.
”Eye wòva me, esime Salomo wui Yehowa ƒe xa kple fia ƒe xɔ tutu kpakple nusiwo katã Salomo ɖo ɖe ta me, be yeawo nu la,
”Tete nunɔlagã Xilkiya gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan bena: Mefɔ segbalẽa ɖe le Yehowa ƒe aƒe lãme. Eye Xilkiya tsa agbalẽ la na Safan wòxlẽ.
”Egbã matrewɔlawo ƒe xɔ, siwo le Yehowa ƒe aƒe la me, afisi nyɔnuwo nɔa agbadɔvɔ lɔ̃m na Asera le la.
”Eyata midi Yehowa, mia Mawu la, kple miaƒe dzi kpakple miaƒe luʋɔ, eye mitso, ne miatu Yehowa Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, ne woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple Mawu ƒe nu kɔkɔeawo ada ɖe xɔ, si tu ge woala na Yehowa ƒe ŋkɔ la me.
”esime kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa, eye woda akpe ne zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ɖi sesĩe, eye esime wokafu Yehowa be: eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee la, tete alilikpo yɔ Yehowa ƒe xa la; eye nunɔlawo mete ŋu nɔ te, be woasusɔ o, le alilikpoawo ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu ƒe xɔ la.
”Esi Salomo do gbe da vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numevɔsawo kple akpedavɔsawo, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la. Eye nunɔlawo mete ŋu yi ɖe Yehowa ƒe xɔ la me o, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Yehowa ƒe xɔ la. Israel-viwo katã kpɔ, alesi dzo la ɖi ɖe anyi kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le xɔ la dzi, tete wobɔbɔ hede ta agu de kpenyigba la dzi, eye wodo gbe ɖa heda akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.
”Eɖo agbonudzɔlawo Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbowo nu, be ame makɔmakɔa ɖeke magage ɖe eme o
”Migasẽ ta me abe mia fofowo ene o, ke boŋ mina asi Yehowa, eye miva eƒe kɔkɔeƒe, si ŋu wòkɔ tegbee la, eye misubɔ Yehowa, mia Mawu, ne eƒe dɔmedzoe nu nata ɖe mia ŋu.
”Eye wòde se na ameha, si nye Yerusalemtɔwo, bena woana nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe gome wo, ne woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe se la ŋu koŋ.
”Tete Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ta.
”Woxlẽ Mawu ƒe segbalẽ la eme kɔ, eye woɖe eme, ale be wose nusi woxlẽ la gɔme.
”Elabena xɔ siawo me Israel-viwo kple Lewi-viwo naisɔ bli, wein kple ami dzɔdzɔawo ayii; afima kɔkɔeƒe ƒe nuwo, nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm, agbonudzɔlawo kple hadzilawo nanɔ; eye míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi o.
”Ame kɔkɔe, siwo le anyigba dzi, kple ame ŋkulawo ƒe nu nyea ŋunye ŋutɔŋutɔ.
”Matsɔ wò ŋkɔ ade gbe ƒae na nɔvinyewo, eye makafu wò le amehawo dome be:
”E, dzɔgbenyuie kple amenuveve adze yonyeme le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye mana Yehowa ƒe me ɖaa.
”Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.
”Xɔ na wò dukɔ, eye nayra wò domenyinu la, nyi wo, eye na tsa wo kpa ɖaseɖe mavɔ me!
”Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina miaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!
”Ne meɖo ŋu, alesi menɔa amehawo dome, eye mía kpli wo míeyia Mawu ƒe aƒe la me kple aseyetsotso kple kafukafuhadzidzi le ŋkekenyuieɖulawo ƒe ha me la, nye dzi lólona gbanaa.
”Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò ate me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.
”Mawu, amesi kplɔa ame tsigbewo va aƒee, eye wòkplɔa gatɔwo yia dzɔgbenyuie mee; ke tosẽlawo atsi kuɖinyigba dzi.
”Ke mí, wò dukɔ kple wò lãnyiƒe ƒe alẽwo, míada akpe na wò tegbee, eye míaxlẽ wò ŋkɔxɔxɔ afia le dzidzimewo katã me.
”Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu. Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo! Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi ɖe menye ke; nye dzi kple nye ŋutilã le aseye tsom de Mawu gbagbe la ŋu. Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afisi wòatsɔ viawo aɖoe, eye nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot, nanye kple Mawunye. Woayra amesiwo le aƒewò me la; woakafu wò ɖaa. Sela.
”Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.
”Ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋufɔ le ame kɔkɔewo ƒe adaŋu me, eye vɔvɔ̃ le eŋu na amesiwo katã ƒo xlãe la.
”Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.
”Mikafu Yehowa! Makafu Yehowa tso dzi blibo me le dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe adaŋu me kple amehawo dome.
”Dawid ƒe mɔzɔha. Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.
”Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.
”Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!
”Mikafu Yehowa! Midzi ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me!
”Mia ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eve tsi la, mate ɖa le edzi o.
”Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.
”Ne èyina de wò Mawu ƒe me la, kpɔ wò afɔ dzi; elabena vava, ne woase nya, nyo wu bometsilawo ƒe akpedavɔsa; elabena numanyamanyae na wole nu vɔ̃ɖi wɔm.
”Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ.
”Tete mese Aƒetɔ la ƒe gbe wògblɔ bena: Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí? Tete megblɔ bena: Nyee nye esi, dɔm! Eye wògblɔ bena: Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke mígase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o.
”Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!
”Eye amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo ne, wo amesiwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la, mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi; elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.
”eye mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi nu, ne woatsɔ nunya kple gɔmesese akplɔ mi.
”Yehowa be: Baba na lãkplɔvi, siwo tsrɔ̃ nye lãnyiƒe ƒe alẽwo, eye woka wo hlẽ la! Eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe lãkplɔvi, siwo le nye dukɔa kplɔm la ŋu enye si: Miekaka nye alẽwo, mienyã wo ɖe gbe, eye miedi wo yome mɔ o, eyata mahe to na mi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta; Yehowa ye gblɔe! Maƒo nye alẽ mamleawo nu ƒu atso anyigba, siwo katã dzi menya wo ɖo ɖa la dzi, eye magakplɔ wo ava woƒe gbeɖuƒe, eye wòadzi akeke ta. Eye maɖo lãkplɔviwo wo nu, amesiwo anyi wo; womagavɔ̃ azɔ o, dzi magaɖe le wo ƒo o, eye wo dometɔa ɖeke mabu o, Yehowa ye gblɔe.“
”Yehowa be: Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye ame tovowo, eye mekpɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le aƒenye me ke hã.
”Amevi, metsɔ wò ɖo dzɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nyaa ɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam. Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: „Ele kuku ge,“ eye mexlɔ̃ nui heƒo nu kplii be, ame vɔ̃ɖi la nakpɔ eɖokui dzi ɖe eƒe mo vɔ̃ɖiwo ŋu, ne woatsi agbe o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodadawo ta; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le. Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi, la, eye wogbe asiɖeɖe le eƒe vɔ̃ɖinyenye kple eƒe mɔ vɔwo ŋu la, ekema aku le eƒe vodadawo ta; ke wò la eɖe wò agbe. Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, ekema maɖo nu nɛ, wòakli aku. Elabena esi mèxlɔ̃ nui o la, eyata woku le eƒe nuvɔ̃wo ta ɖo, eye womagaɖo ŋu eƒe nu dzɔdzɔe, siwo wòwɔ la o; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le. Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nuvɔ̃ o, eye ame dzɔdzɔe la mewo nuvɔ̃ o, ke boŋ wòna woxlɔ̃ nui la, ekema atsi agbe; eye wò la eɖe wò agbe.
”Eƒe nunɔlawo toa vo ɖe nye se la ŋu, eye wogblẽa kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la; womedea vovo nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome o, eye womefiaa vovototo, si le nu dzadzɛ kple nu madzamadza dome o, wotsyɔa nu ŋku me ɖe nye dzudzɔgbewo, eye wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome.
”Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe lãkplɔviwo ŋu, lãkplɔviawo ŋue nagblɔ nya ɖo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na Israel ƒe lãkplɔviwo, amesi nyi woawo ŋutɔ ɖokui; ɖe menye lãhawoe lãkplɔviwo nanyi oa? Mieno notsi, mietsɔ lãfu wɔ avɔe ta, eye miewu lã damiwo, ke mienyi alẽawo o. Miedo ŋusẽ lã kudɔewo o, eye mieyɔ do esiwo ƒe lãme gblẽ o, miebla abi na esiwo ŋe ata o, miegbugbɔ esiwo ka hlẽ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu la o, ke boŋ mieɖu amegã ɖe wo dzi kple sesẽ, eye miesẽ ŋuta le wo ŋu. Woka hlẽ, elabena kplɔla mele wo nu o, wòzu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, eye woka hlẽ. Nye alẽwo le tsa glãla tsam le towo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã dzi, eye nye alẽwo ka hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi; amea ɖeke meli abla wo ta ase alo adi wo o.
”Eyata mi lãkplɔviwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Esi nye alẽwo zu nuhaha, eye nye alẽwo zu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, elabena kplɔlaa ɖeke meli o, eye nye lãkplɔviwo mebiaa nye alẽwo ta sena o, lãkplɔviawo nyi woawo ŋutɔ ɖokui, eye wogbe nye alẽwo nyinyi la, eyata mi lãkplɔviwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe lãkplɔviawo dzi, eye mabia nye alẽwo tso wo si me, mana be, womagakpɔ nye alẽwo dzi azɔ o, eye lãkplɔviawo maganyi woawo ŋutɔ ɖokui azɔ o, maɖe nye alẽwo le ve me na wo, be womaganye nuɖuɖu na wo azɔ o.
”Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ dami kple alẽ ɖiku dome. Esi mietsɔ axadame kple abɔgba mimi lã kudɔeawo katã ɖo, eye mietu dzo wo, vaseɖe esime mienyã wo do goe la, eyata maxɔ na nye alẽwo, eye womaganye nuhaha azɔ o, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome.
”Maɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye nye dɔla Dawid la, wo nu, ne wòanyi wo; eya anyi wo, eye wòanye kplɔla ha wo.
”Nye nɔƒe anɔ wo dome, manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ.
”Emegbe wòkplɔm to anyiehegbo la nu yi gbedoxɔ la nu, eye mekpɔ be, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ya Yehowa ƒe xɔ la taŋ; tete metsyɔ mo anyi.
”Woafia vovo, si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, kpakple vovo, si le nu madzamadza kple nu dzadzɛ dome la, nye dukɔ.
”eye gbesigbe wòyi xɔxɔnu metɔ le kɔkɔeƒe la, be yeasubɔ le kɔkɔeƒea la, nesa nuvɔ̃vɔ, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
”Nu kɔkɔe wònye tso anyigba la ŋu; nunɔla, siwo le subɔsubom le kɔkɔeƒe la, amesiwo fena ɖe Yehowa ŋu, ne woasubɔe la to wòanye; xɔteƒe wòanye na wo, eye teƒe kɔkɔe wònye kpe ɖe kɔkɔeƒe la ŋu.
”Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo. Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi.
”Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.
”maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matso ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ asu gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye made ŋutifafa teƒe sia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!
”Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.
”Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.
”Eye wògblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo!
”Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.
”Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.
”Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.
”Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.
”Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome. Ke esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene. Tete wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nuŋeŋe la sa gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.
”Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.
”Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.
”Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo;
”Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa. Amesi ke xɔa nyagblɔɖila le nyagblɔɖila ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ nyagblɔɖila ƒe fetu; eye amesi ke xɔa ame dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔe ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ ame dzɔdzɔe ƒe fetu. Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.
”Eye esi wòva fofoawo ɖe la, efiã nu wo le woƒe ƒuƒoƒe, ale bena kuvia ɖo wo wogblɔ bena: Afika amesia kpo nenem nunya kple ŋusẽawo tsoe mahã?
”Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o. Matsɔ dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo ana wò, eye nusi ke nabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒowo, eye nusi ke natu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒowo.
”Nuka miesusuna? Ne amea ɖe kpɔ alẽ alafa, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe magblẽ blasieke vɔ asieke la ɖe toawo dzi, eye wòayi aɖadi esi bu la o mahã? Eye ne eva me bena, eyi ɖakpɔe la, vavã mele egblɔm na mí bena, akpa dzidzɔ le eya ŋuti awu le blasieke vɔ asieke, siwo metra mɔ o la ŋu.
”Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò. Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi. Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.
”Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.
”Neganɔ nenema le mia dome o; ke amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla; abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.
”Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi; eye wògblɔ na wo bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Nye aƒe la, woayɔe be gbedoxɔ; ke miawo mietsɔe wo adzodalawo ƒe ɖoe.
”Eye ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le mawuƒe la me, eye wòda gbe le wo ŋu. Eye esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo wòwɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dome na wo.
”Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye. Eye migayɔ amea ɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo. Ke amesi nye gãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe subɔla. Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.
”Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.
”Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye.
”Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,
”Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.
”Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii. Eye anyidzela ɖe va egbe le kuku ɖem nɛ, eye wòdze klo nɛ gblɔ bena: Ne èlɔ̃ ko, ate ŋu aklɔ ŋutinye. Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!
”Eye wòɖo ame wuieve, bena woanɔ ye ŋuti, eye bena yeadɔ wo aɖo ɖa woaɖaɖe gbe ƒã, eye bena ŋusẽ nanɔ wo si hena gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyà do goe.
”Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?
”Ke dzodzroe wole subɔyem, hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiãm.“ Miegblẽ Mawu ƒe se la ɖi, eye mielé amewo ƒe kɔnyinyi me ɖe asi le zewo kple kplu wo kɔklɔ me; eye nu bubu geɖe, siwo le abe esiawo ene la, miewɔna. Eye wògblɔ na wo bena: Mieɖe Mawu ƒe se la ɖa nyuie, bena mianyi mia ŋutɔwo ƒe kɔ.
”eye miena Mawu ƒe nya la tsi mabumabu le miaƒe ka, si mieɖo anyi la ŋuti; eye nusiawo tugbe geɖe miewɔna.
”Elabena amesi ke ana tsi kplu ɖeka mi be, miano le nye ŋkɔ me, esi wònye Kristo tɔ míenye ŋuti la, vava mele egblɔm na mi bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.
”Eye wova Yerusalem; eye esi wòyi ɖe mawuƒe la me la, ede asi amesiwo le nu dzram kple amesiwo le nu ƒlem le mawuƒe la me la, nyanyã me do goe, eye wòmũ gaɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le ahɔ̃newo dzram la, ƒe zikpuiwo ƒu anyi. Eye meɖe mɔ bena, amea ɖeke netso goe ato mawuƒe la me o. Eye wòfia nu gblɔ na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe ɖoe.
”Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ele xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.
”Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.
”Eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagbɔ vaseɖe egɔme.
”Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã. Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe. Ke dzesi siawo lakplɔ amesiwo xɔe se la ɖo: Le nye ŋkɔ la me wòanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo. Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.
”Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me.
”Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ɖe ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.
”eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti, elabena egblɔ nya ŋusẽtɔe. Eye ŋutsua ɖe le ƒuƒoƒe la, amesi me Abosam ƒe gbɔgbɔ bliba le, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe bena: Ago gbɔ, nya kae le mía kpli wò dome, wò Yesu, Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ gea? Menya wò amesi nènye: Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o. Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go.
”Eye wòle nya gblɔm le Galilea ƒuƒoƒeawo.
”nenema ke hãe nye Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo, amesiwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo. Eye Yesu gblɔ na Simon bena: Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.
”Eye wòva ve me le Sabat bubu dzi bena, eyi ɖe ƒuƒoƒe la, be yeafia nu; eye amea ɖe le afima, si titi lé nuɖusi na.
”Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, ke amesiame, si wofia nui la, lanɔ abe eƒe nufiala ene.
”Eye wòyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ kple mɔ wo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã dzi, eye be, woaɖe dɔlélewo ɖa. Eye wòdɔ wo ɖa be, woaɖe gbe ƒã mawufiaɖuƒe la, eye be woada gbe dɔlélawo ŋu.
”Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.
”Eye wòle nu fiãm le ƒuƒoƒeawo dometɔ ɖeka me le Sabat dzi. Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si me dɔléamegbɔgbɔa de le ƒe wuienyi, eye wòxa godã, eye metea ŋu koa eɖokui de dzi kulẽ o la, le afima. Eye esi Yesu kpoe la, eyae va egbe, eye wògblɔ ne bena: Nyɔnu, wotu wò tso wò dɔléle la me! Tete wòtsɔ eƒe asiwò do edzi, eye wòdzo enumake, eye wòkafu Mawu. Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.
”Ameka le mia dome, ne alẽ alafa le esi, eye wo dometɔ ɖeka bu ɖee la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe gbeadzi, eye wòaɖi esi bu la, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã? Eye ne ekpɔe la, akɔe ada ɖe eƒe abɔta kple dzidzɔ. Eye ne eva aƒe la, ayɔ xɔlɔ̃awo kple aƒelikawo aƒo ƒu, agblɔ na wo bena: Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ, si bu la. Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.
”Mikpɔ mia ɖokui dzi! Ne nɔviwò wo nuvɔ̃ la, ka ŋku me nɛ; eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee.
”eye ɣe la ɖo viviti, eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve kpla.
”Eye esi wodze klo de ta agu nɛ la, wogbugbɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ gã; eye wonɔa mawuxɔ la me ɖaa henɔa Mawu kafum.
”Eye wòtsɔ kawo tro atam, eye wonyã wo katã do go le mawuƒe la me kpe ɖe alẽwo kple nyiwo ŋu, eye wòtrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi; eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o! Tete eye nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya, si woŋlɔ ɖi la dzi bena: „Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.“
”Tete Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ɖe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbea ɖeke manɔ mia me o.
”Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.
”Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo míenye, ne lɔlɔ̃ le mia dome
”Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu. Eye woawɔ esiawo, elabena womenya Fofo la kple nye hã o.
”Eye nyemegale xexeame o, ke woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe miawo ene!
”Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene. Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe?
”bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa. Eye nye la, ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam la, metsɔe na wo, bena woazu ɖeka, sigbe alesi miawo hã míele ɖeka ene.
”Azɔ esi woɖu nu vɔ la, Yesu gblɔ na Simon Petro bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem wu nenem me siawo mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽviawo. Egagblɔ nɛ zi evelia bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Kpo nye alẽawo dzi. Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.
”Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.
”Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti. Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;
”Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka. Eye kasia gbea ɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Eye aɖe mamãwo ɖo ɖe wo gbɔ lé abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka. Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.
”Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu. Eye wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me. Eye vɔvɔ̃ gã va amewo katã dzi, eye apostolowo wɔ nukunuwo kple dzesi geɖewo le Yerusalem. Eye amesiwo katã xɔe se la, nɔ afi ɖeka, eye wowɔ nuwo katã hamenui; eye wotsɔ woƒe anyigbawo kple woƒe ŋutinuwo dzra, eye wòmã wo me na wo katã le amesiame ƒe hiahiã nu. Eye gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.
”Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo. Eye xɔsetɔwo ƒe ha ƒe dzi kple luʋɔ le ɖeka, eye wo dome amea ɖeke meyɔa nusiwo le esi la be ye tɔ o; ke nuwo katã nye hamenu na wo. Eye apostolowo ɖi ɖase kple ŋusẽ gã le Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi la ŋuti, eye amenuveve gã le wo katã dzi. Elabena hiãtɔa ɖeke mele wo dome o; elabena ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ, eye wotsɔe ɖa ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.
”Eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze hame blibo la katã kple amesiwo katã se nusiawo la dzi. Eye dzesi kple nukunu geɖewo va me le dukɔ la dome to apostolowo ƒe asi dzi. Eye wo katã wonɔ anyi kple tame ɖeka le Salomo ƒe akpata la me. Ke amesiwo susɔ la, wo dometɔa ɖeke meɖoa dzi tena ɖe wo ŋu o, hafi boŋ dukɔ la bua wo ŋutɔ. Ke ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ; nenem bena wotsɔ dɔlélawo hã do go va ablɔ me, eye wotsɔ wo mlɔ abawo kple abatiwo dzi, bena ne Petro gbɔna la, eƒe vɔvɔli ɖeɖeko nadze wo dometɔa ɖe dzi. Eye amehawo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem la hã me ƒo ƒu. Eye wotsɔ dɔlélawo kple amesiwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.
”Eye gbesiagbe womedzudzɔ nuhaha kple nyanyuiegbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.
”Ke miawo la miana gbedodoɖa kple nya la ƒe subɔsubɔ dzi.
”Eye mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agba sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gãa ɖe hã na ta xɔse la. Ke Stefano, si yɔ fũ kple amenuveve kple ŋusẽ la, wo nukunuwo kple dzesi gãwo le dukɔ la dome. Eye amea ɖewo tso ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertine-tɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia la, tsi tre hele nusesẽe wɔm kple Stefano. Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o. Tete wotra ŋutsua ɖewo ɖe wo me, amesiwo gblɔ bena: Miese wòle busunyawo gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.
”Gake nuwokatãtaƒola la menɔa nusi wowɔ kple asi la me o, abe alesi nyagblɔɖila gblɔ ene bena: „Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu; xɔ ka ƒomevi lu ge míala nama? Aƒetɔ la gblɔe, alo afikae nye dzudzɔƒe nama?
”Ke Saul kpɔ dzidzɔ le eƒe wuwu ŋuti. Eye le ŋkeke ma ke dzi yometiti gãa ɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.
”Ke amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia. Eye Filipo va Samaria-dua me, eye wòɖe gbe ƒã le Kristo ŋuti na wo. Eye amehawo ɖo to nusi Filipo gblɔ la kple tame ɖeka, esi wosee, eye wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ. Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu. Eye wòzu dzidzɔ gãa ɖe le ɖu ma me.
”Ke Saul, si galé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ, eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem.
”Ke esi wòle mea dzi, eye wògogo Damasko la, kasia keklẽ tso dziƒo klẽ ƒo xlãe; eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima? Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu. Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò. Ke ŋutsu, siwo le mɔ zɔm kplii la, tsi tre ɖi nu maƒomaƒoe; wole gbe la sem, gake womelé amea ɖeke kpɔm o. Tete la Saul tsi tre tso anyigba; ke esi wòdu ŋku la, mekpɔ amea ɖeke o, eye wòlé eƒe alɔnu, eye wokplɔe yi Damasko. Eye ŋkeke etɔ̃ sɔŋ mekpɔ nu kpɔ o, meɖu naneke o, eye meno naneke hã o.
”Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi. Eye, amesiwo katã see la, kuvia ɖo wo, eye wogblɔ bena: Alo menye eyae nye amesi gblẽ amesiwo yɔa ŋkɔ sia dzi le Yerusalem, eye eyata wòva afisia ɖo, be yeabia wo akplɔ ayi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa? Ke Saul sẽ ŋu ɖe dzi gawu, eye wòna Yudatɔ, siwo le Damasko la ƒe nu tsi te, esi wòfiã kɔte bena, amesiae nye Kristo.
”Eye esi wòva Yerusalem la, ete kpo be, wòamiã eɖokui ɖe nusrɔ̃lawo ŋu; eye wo katã le evɔ̃m, esi womexɔe se bena, nu srɔ̃la wònye o. Ke Barnaba xɔe, eye wòkplɔe yi apostoloawo gbɔ, eye woxlẽe fia wo, alesi wòkpɔ Aƒetɔ la le mo dzi, eye bena eƒo nu nɛ, kple alesi wògblɔ nya dzifeƒotɔe le Yesu ƒe ŋkɔa me le Damasko. Eye eya kplii wovaa me, gadoa go le Yerusalem hele nya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me; eƒo nu, eye wosẽ nu hã kple Helatɔwo; ke woawo ɖi be, yewoawu.
”Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.
”Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi.
”Eye Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.
”Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.
”Le ɣemaɣi me fia Herodes ɖo asi hamevia ɖewo dzi, bena yeasẽ ŋuta le wo ŋu. Eye wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi. Ke esi wòkpɔ be, edze Yudatɔwo ŋu la, eyi dzi be, yealé Petro hã. Ke enye amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekewo.
”Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta. Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm. Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu.
”Eye esi wole go ɖom la, woɖe kuku na wo bena, woagagblɔ nya siawo na yewo le Sabat keme dzi. Eye esi ƒuƒoƒemetɔwo ka la, Yudatɔ kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la, dometɔ geɖe dze Paulo kple Barnaba yome, amesiwo ƒo nu na wo, eye wode dzi ƒo na wo bena, woanɔ Mawu ƒe amenuveve la me. Eye le Sabat, si dze eyome dzi la, esusɔ ʋee, ne du blibo la katã kloe naƒo ƒu ase mawunya la. Ke esi Yudatɔwo kpɔ amehawo la, woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã eye wogblɔ busunya tsi tre de nusiwo Paulo gblɔ la ŋu. Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.
”Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se. Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu. Gake la wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo le Aƒetɔ la me, eya amesi ɖi ɖase le eƒe amenuvevenya la ŋuti, le esime wòna wowɔ dzesiwo kple nukunuwo to woƒe asiwo dzi.
”Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.
”Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo.
”Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo. Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu.
”Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã. Eyaŋuti wo dome ame geɖewo xɔe se, eye Hela-nyɔnu ŋkulatɔwo kple ŋutsuwo hã, menye ame ʋeea ɖe o.
”Eye wòƒo nu na Yudatɔwo kple amesiwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe.
”Eye wòƒo nu le ƒuƒoƒe la le Sabat sia Sabat dzi; eye wòƒoe ɖe wo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo xɔe se.
”eye amesia de asi nuƒoƒo me kple kalẽ le ƒuƒoƒe la. Ke esi Akwila kple Priskila woɖo toe la, wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe ma gome fiae kɔte wu tsãtɔ.
”Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se. Ke esi amea ɖewo ƒe dzime sẽ, eye womeɖo to o hele nya vlowo gblɔm ɖe mɔ la ŋu le ameha ƒe ŋku me la, edzo le wo gbɔ, eye wòɖe nusrɔ̃lawo ɖa tso wo dome, eye wòƒoa nu na wo gbesiagbe le Tirano ƒe nusrɔ̃xɔ la me.
”Ke le ɣemaɣi me la menye zitɔtɔ via ɖee dzo le mo sia ŋuti o.
”alesi nyemegbe naneke, si nyo na mi la, takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me, hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.
”Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la. Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo de wo ɖokui yome. Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.
”eye meti mɔ sia yome vaseɖe ku me ke, henɔa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa biam, eye metsɔa wo dea gaxɔ me, abe alesi nunɔlagã la kple amegãwo hã aɖi ɖase nam ene; amesiwo gbɔ hã mexɔ agbalẽ tso hena nɔviawo, eye mezɔ mɔ yi Damasko, be mabia amesiwo le afima la hã ava Yerusalem, bena woahe to na wo.
”Ke mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mo, si woyɔna be kɔmamã la nu, ale bena mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se,
”Ke Felike, esi wonyã nu le mɔ sia ŋuti kɔte la, ehe woƒe nya ɖe megbe hegblɔ bena: Ne aʋafia gã Lisia va la, mabia miaƒe nya la gɔme ase.
”Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie,
”Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam.
”Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã? Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“
”Elabena alesi ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mi, gake ŋutinuawo katã mewɔa ɖo ɖeka ƒomevi o la, nenema ke mí ame geɖewo míenye ŋutilã ɖeka le Kristo me, hafi mía dome ame ɖeka ɖekawo la ŋutinuwo míenye; eye amenuvevenunana, siwo le vovovo la, le mía si le amenuveve, si wona mí la nu; Nenye nyagbɔgblɔɖi la, miagblɔ nya ɖi le xɔse la nu: nenye subɔsubɔ la, mianɔ subɔsubɔ dzi; ne amea ɖe le nu fiam la, nena nufiafia dzi; ne amea ɖe le nu xlɔ̃m la, nena nuxɔxlɔ̃ dzi; amesi naa nu ame la, nena nu le dzimekɔkɔ me; amesi nɔa ame nu la, nedo vevie; amesi kpɔa nublanui na ame la, nekpɔe kple dzidzɔ.
”Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!
”bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.
”Mele Foibe, mia nɔvinyɔnu, si nye Kenxrea-hame ƒe subɔla la, kafum na mi, bene míaxɔe le Aƒetɔ me, alesi dze ame kɔkɔewoe la, eye miakpe ɖe eŋuti le dɔ sia dɔ, si me wòhiã mi le la me; elabena eya ŋutɔ hã nye kpeɖeŋutɔ na ame geɖe, eye na nye ŋutɔ hã. Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã; woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe; eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Epeneto, nye lɔlɔ̃tɔ, si nye kutsetse gbãtɔ na Kristo le Asia la, nam ƒã.
”Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Kristo ƒe hamewo katã ɖuɖɔ mi ƒã.
”woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto la, amesiwo wowɔ kokoe le Kristo Yesu me, tame kokoe, siwo woyɔ kple amesiwo katã yɔa mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi le afisiafi le wo gbɔ kple mía gbɔ la:
”Nuteƒewɔlae nye Mawu, amesi ya mi va Via Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la, ƒe hamenɔnɔ me la. Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamãa ɖeke naganɔ mia dome o; ke míazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me. Elabena Xloeƒemetɔwo ɖee fiãm le mia ŋuti, nɔvinyewo bena, dzre le mia dome. Ke mele esia gblɔm bena, mia dome ɖesiaɖe gblɔna bena: Nye la, Paulo to menye! Nye la, Apolo to menye! Nye la, Kefa tɔ menye! Nye la, Kristo to menye! Ɖe wòmã Kristo mea? Alo ɖe Paulo ye woklã ɖe atitsoga ŋu ɖe mia ta, alo ɖe Paulo ƒe ŋkɔ mee wode mawutsi ta na mi ɖoa?
”ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo;
”Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o.
”eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me, bene miaƒe xɔse la naganɔ amewo ƒe nunya me o, hafi nenɔ Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ. Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o; ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la, si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.
”Eye nusiawo miegblɔna hã, eye míetsɔa nya, siwo amewo ƒe nunya fia mi la o, hafi míetsɔa nya, siwo Gbɔgbɔ la fia mí la boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenuwo heɖoa gbɔgbɔmenuwo ŋuti.
”Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie. Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ. Ke amesi le nu ɖom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu. Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.
”Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gome anyi abe xɔtula dzeaɖaŋu ene, ke ame bubu tui ɖe edzi. Gake amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui ɖe edzi la. Elabena amea ɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko.
”Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa? Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.
”Ale ame nabu mí enye esi: Abe Kristo ƒe dɔlawo kple Mawu ƒe nya ɣaɣlawo ƒe xɔnuviwo ene. Ke nusi gakpe ɖe eŋuti la, enye bena, wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewolawoe.
”Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o. Elabena nya kae le mia kple amesiwo le egodo la dome bena, madrɔ̃ ʋɔnu wo mahã? Alo miawo la, ɖe miedra ʋɔnu amesiwo le eme la gã oa? Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!
”Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?
”Ɖe mienyae bena, amesiwo woa kɔkɔeƒe ƒe dɔwo la, kɔkɔeƒe ƒe nuwo woɖuna, eye amesiwo subɔna le vɔsamlekpui ŋuti la, vɔsamlekpui ƒe nuwo me wokpɔa wo tɔ nua tsonɛ oa? Nenema ke Aƒetɔ la ɖo na amesiwo gblɔa nyanyuie fiana la bena, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyuie la me.
”Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!
”Azɔ ɖe, nukae nye nye fetua? Eyae nye bena, nye amesi le nyanyuie la gblɔm la, mana fetu naganɔ nyanyuie la ŋuti o, bene nyemagawɔ nye ŋusẽ la ŋuti do le nyanyuie lã ŋuti o.
”hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazɔ ame madzemadze o.
”Yayrakplu, si míeyrana la, menye Kristo ƒe ʋu la ƒe hadedee o ɖe? Eye abolo, si míekana la, menye Kristo ƒe ŋutilã ƒe hadedee o ɖe? Elabena abolo ɖekae, ŋutilã ɖeka mi ame geɖewo míenye, elabena mí katã mieɖua abolo ɖeka la ƒe ɖe. Mikpɔ ŋutilãnu Israel ɖa! Menye amesiwo ɖua vɔsawo la, nye vɔsamlekpui la ƒe hadelawo oa? Azɔ la, nuka gblɔm mele? Ɖe mebena, trɔ̃ enye nu loo, alo trɔ̃ ƒe vɔsasa enye nua? Hafi boŋ mele gbɔgblɔm bena, nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o; ke nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o.
”Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.
”Ke esi mede se sia na mi ta, nyemate ŋu akafu mi o bena, mieva kpea ta, menye bena mianye awu o, ke boŋ bene miagblẽ ɖe dzi awu. Elabena gbã la, ne mieƒo ƒu ɖe hame la ƒe takpekpe me la, mesena bena, mamãwo naa mia dome, eye mexɔa ɖewo dzi sena. Elabena ele vevie bena, kɔmamãwo hã naɖo mia dome, bene amesiwo li ke la, nadze ƒã le mia dome.
”Elabena zi alesi míeɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu la, miele gbe ƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va. Eyata amesi ke ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple nu la ŋuti. Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu. Elabena amesi ɖunɛ alo nonɛ madzemadze la, eɖua, eye wònoa ʋɔnudɔdrɔ̃ na eɖokui, elabena mebu Aƒetɔ la ƒe ŋutilã me kpɔna o. Esia ŋuti mia dome ame geɖe ƒe lãme gbɔdzɔ, eye amewo le dɔ lém, eye ame geɖewo ku.
”Ke le gbɔgbɔ me nunanawo ŋuti la, nɔviwò, nyemele didim be, mianye ame manyanuwo o.
”Ke amenuvevenunana bubu ƒomeviwo li, gake Gbɔgbɔ ma kee, eye subɔsubɔdɔ bubu ƒomeviwo li, gake Aƒetɔ ma kee. Eye ŋusẽdɔ bubu ƒomeviwo li, gake Mawu ma ke, si wɔa dɔwo katã le amewo katã me lae. Ke wotso Gbɔgbɔ ƒe ɖeɖefia na amesiame, bene wòanyo na amewo katã. Elabena woto Gbɔgbɔ la dzi tso nunya ƒe nya na amea ɖe, ame bubu la sidzedze ƒe nya le Gbɔgbɔ ma ke nu, ame bubu la xɔse le Gbɔgbɔ ma ke me; ame bubu la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo le Gbɔgbɔ ɖeka ma me; ame bubu la nukudɔwɔwɔwo, ame bubu la nyagbɔgblɔɖi, ame bubu la gbɔgbɔwo dodokpɔ, ame bubu la gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo, ame bubu la gbe bubu ƒomeviwo ƒe gɔmeɖeɖe; gake Gbɔgbɔ ɖeka mao wɔa nusiawo katã, eye wòmã nu na amesiame wo tɔxɛ wo tɔxɛ, abe alesi wòlɔ̃na ene.
”Elabena alesi ŋutilã ɖeka li, eye ŋutinu geɖewo li nɛ, ke ŋutilã ɖeka sia ŋutinuwo katã, ne wosɔ gbɔ geɖe hã la, wonye ŋutilã ɖeka la: Nenema kee nye Kristo hã. Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wode mawutsi ta na mí katã le, bena mianye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã.
”Elabena ŋutilã hã menye ŋutinu ɖeka o, ke ŋutinu geɖe boŋ. Nenye ɖe afɔ lagblɔ be: Esi nyemenye asi o la, eyata nyemenye ŋutilã ƒe ɖe o la; ekem ɖe eyaŋuti menye ŋutilã ƒe ɖe oa? Eye nenye de to lagblɔ be: Esi nyemenye ŋku o la, eyata nyemenye ŋutilã ƒe ɖe o la; ekem ɖe eyaŋuti menye ŋutilã ƒe ɖe oa? Ne ŋutilã blibo la katã nye ŋku la, afika nusese anɔ? Ne ŋutilã blibo la katã nye nusese la, afika ʋeʋẽsese anɔ mahã? Ke azɔ la Mawu tsɔ ŋutinuwo dome ɖesiaɖe ɖo ŋutilã ŋuti, abe alesi wòlɔ ene. Ke ne wo katã nye ŋutinu ɖeka la, afika ŋutilã la anɔ? Ke azɔ la ŋutinu geɖewo li, gake ŋutilã ɖeka hɔ̃ koe. Ŋku mate ŋu agblɔ na asi bena: Wò koe mele ŋunye o, alo ta hã mate ŋu agblɔ na afɔwo bena: Miawo koe mele ŋunye o. Ke boŋ ŋutilã ŋutinu, siwo wobuna bena, wogbɔdzɔna wu la, woawoe hiãna wu; eye ŋutilã ŋutinu, siwo míebuna bena, bubu mele wo ŋu o la, míedea bubu gã wo ŋu wu, eye mia ŋutinu, siwo menya kpɔm, o la, woawoe xɔa nusiwo nya kpɔna wu. Ke mia ŋutinu, siwo nya kpɔna la, megahiã naneke o. Ke Mawu wɔ ŋutilã heɖoe teƒeteƒe, eye wòtso bubu gã wu na suetɔ la, bene mamãa ɖeke naganɔ ŋutilã me o, ke ŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe boŋ. Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti. Ke miawo la Kristo ƒe ŋutilã míenye, eye mia dome ɖesiaɖe nye ŋutinu.
”Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo. Ã, wo katãe nye apostolowoa? Ã, wo katãe nye nyagblɔɖilawoa? Ã, wo katãe nye nufialawoa? Ã, wo katã si ŋusẽdɔwɔwɔ léa? Ã, wo katãe kpɔ dɔyɔyɔwo ƒe amenuvevenunanawoa? Ã, wo katãe gblɔa gbe bubu ƒomeviwoa? A, wo katãe ɖea nya gɔmea?
”ke amesi le nya gblɔm ɖi la, eƒoa nu na amewo hegblɔa amedoɖeŋgɔgbenya, nuxlɔ̃menya kple akɔfafanyawo. Amesi tsɔa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, edoa eɖokui ɖe ŋgɔgbe; ke amesi le nya gblɔm ɖi la, edoa hame la ɖe ŋgɔgbe. Ke mele didim bena, mi katã miatso gbegbɔgblɔwo aƒo nu; ke mele didim wu be, miagblɔ nya ɖi; elabena amesi gblɔa nya ɖi la, ewu amesi tsoa gbegbɔgblɔwo ƒoa nu la sa, negbe ɖeko wòaɖe egɔme, bene hame la nakpe ŋgɔgbedede.
”Ke ne mele ha me la, mele didim bena, matso nye tamesusu agblɔ nya atɔ̃, bene mafia nu ame bubuwo hã awu esi matsɔ gbegbɔgblɔ agblɔ nya akpe ewo.
”Eyata gbegbɔgblɔwo nye dzesi, menye na xɔsetɔwo o, ke na dzimaxɔsetɔwo boŋ; gake nyagbɔgblɔɖi mele na dzimaxɔsetɔwo o, ke na xɔsetɔwo boŋ. Azɔ la nenye hame blibo la katã va kpe ta ɖe afi ɖeka, eye amewo katã tsɔ gbegbɔgblɔ ƒo nu, eye numanyamanyatɔwo alo dzimaxɔsetɔwo ava ge ɖe eme la, womagblɔ bena, tsu kum miele o mahã? Ke nenye wo katã gblɔa nya ɖi, eye dzimaxɔsetɔ alo numanyamanyatɔa ɖe va ge ɖe eme la, wo katã woaƒo nya ɖe enu wòagloe, eye wo katã woadrɔ̃ ʋɔnui, eye eƒe dzimenya ɣaɣlawo adze ƒã, eye ale wòatsɔ mɔ atsyɔ anyi, eye wòado gbe ɖa na Mawu, eye wòaɖe gbe ƒã bena, Mawu le mia dome vavã.
”Azɔ la alekee, nɔviwò? Ne mieva kpe ta la, hadzidzi kple nufiafia kple gbegbɔgblɔ kple nyaɖeɖefia kple gɔmeɖeɖe le mia dome amesiame si; woawo nuwo katã hena ŋgɔgbedede! Nenye be, amea ɖe tsɔ gbegbɔgblɔ ƒo nu la, woanye ame eve alo ƒã la ame etɔ̃, eye woaƒo nu ɖekaɖeka, eye ame ɖeka naɖe egɔme. Ke nenye be, gɔmeɖela meli o la, nezi ɖoɖoe le ha la me: ke neƒo nu na ye ŋutɔ ɖokui kple Mawu. Ke nyagblɔɖilawo la ame eve alo ame etɔ̃ nagblɔ nya ɖi, eye ame mamleawo nabu eme kpɔ. Ke nenye be, woɖe nya fia ame bubu, si bɔbɔ nɔ anyi la, gbãtɔ la nazi ɖoɖoe. Elabena mi katã miate ŋu agble nya ɖi ɖekaɖeka, bene wo katã nasrɔ̃ nu, eye woaxlɔ̃ nu wo katã. Eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo bɔbɔa wo ɖokui na nyagblɔɖilawo. Elabena Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.
”Abe alesi wòle le ame kɔkɔewo ƒe hawo katã me ene la, miaƒe nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le takpekpewo me, elabena womeɖe mɔ na wo bena, woaƒo nu o; ke woaɖo to boŋ, abe alesi se ta gblɔ ene. Ke ne wole didim be, yewoasrɔ̃ nane ta, mina woabia woawo ŋutɔ srɔ̃wo le aƒe me, elabena medze nyɔnuwo bena, woaƒo nu le takpekpe me o. Alo ɖe mia mee mawunya dzɔ tsoa? Alo miawo ɖeɖe gbɔ wòva loo? Ke ne amea ɖe bua eɖokui nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmeme la, nedze si nusiwo meŋlɔ ɖo ɖe mi la bena, Aƒetɔ la ƒe sededewoe. Ke ne amea ɖe medze sii o la, negadze sii o!
”Eyata, nɔviwo, midi nyagbɔgblɔɖi vevie, eye migagbe gbebɔgblɔ o. Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.
”Elabena nye enye suetɔ le apostoloawo dome, amesi medze be, woayɔ be apostolo o, elabena meli Mawu ƒe hame la yome.
”Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.
”Nɔviwo katã ɖuɖɔ mi ƒã! Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe gbugbɔ nu na mia nɔewo!
”Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.
”Menye bena miede enu le mia ɖokui si, be miasusu nane abe mia ŋutɔwo mía ɖokui mee wòtso ene o; ke mía nudede la tso Mawu gbɔ boŋ, amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.
”Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.
”Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti,
”Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.
”Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!
”Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.
”ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me,
”Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ. Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,
”Eye wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me;
”Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo. Azɔ ne míeɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple miaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, ƒe dzesi fia woamawo la, ekema mieɖee fia le hameawo ŋku me.
”Ke nusi mewɔna la, mawɔe hã, bene mana mɔnukpɔkpɔ nu natso na amesiwo dia mɔnu, bene woakpɔ wo le nusi me woƒo adegbe le la me abe míawo hã ene. Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo.
”Ke mewo apostolo ƒe dzesiwo le mia dome le dzidodo katã me, le dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽdɔwɔwɔwo me.
”Mitso nugbugbɔ kɔkɔe gbugbɔ nu na mia nɔewo! Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã! Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kpli mi katã!
”Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyuie la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu! Abe alesi míegblɔ tsã la, magagblɔe fifi hã bena, ne amea ɖe gblɔ nyanyuie la bubui fia mi ɖe esi miexɔ teƒe la, nezu busu! Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.
”Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o. Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ. Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.
”Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.
”eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame, si nye eƒe ŋutilã; eya amesi yɔ nuwo katã fũ le wo katã me la ƒe agbɔsɔsɔ la.
”Eyata azɔ míeganye ame tutɔwo kple amedzrowo o, ke boŋ míenye ame kɔkɔewo ƒe hadumeviwo kple Mawu ƒe aƒemetɔwo, amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le, amesi me wokpe xɔtutu blibo la katã ɖo, eye wòtsi zu mawuxɔ kɔkɔe le Aƒetɔ la me, amesi me wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le Gbɔgbɔ la me.
”si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o, bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo ƒe domenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me to nyanyuie la me, esi ƒe subɔla mezu le Mawu ƒe amenuvevenunana, si wòtsɔ nam la nu, le eƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ, si nu sẽ la nu; nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome, eye bene mana keklẽ naklẽ na wo katã, bene woanya nusi nye nya ɣaɣla, si woɣla ɖe Mawu, si wɔ nuwo katã la me tso ŋɔli mavɔwo me la, ƒe nuɖoanyi la, bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la
”eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe la le ha me le Kristo Yesu me yiɖase dzidzimewo katã dzi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la le tamebɔbɔɖeanyi kple dɔmefafa katã me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye mihe adodo kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me, eye mido vevie, bene míadzra gbɔgbɔ ƒe ɖekanyenye la ɖo le ŋutifafa ƒe nublanu la me! Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka, abe alesi ke woyɔ mi hã le mia yɔyɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka la me ene. Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, mawutsidedeta ɖeka, Mawu ɖeka, si nye wo katã Fofo, amesi le wo katã dzi, eye wòto wo katã me, eye wòle wo katã me.
”Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo, bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu, halase esime mí katã miade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ, bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o, ke boŋ la mianye anukwaretɔwo le lɔlɔ̃ me, eye le nusianu me míatsi ali ke ɖe Kristo, si nye ta la me, amesi gbɔ wòtso wokpe ŋutilã blibo la katã, eye wobiae ɖekae, eye woto ƒunuɖeƒewo katã ƒe kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu me, le ŋutinu sia ŋutinu ƒe dɔwɔwɔ, si womã nɛ la nu, hewu ŋutilã ƒe tsitsi la nu hena tutu le lɔlɔ̃ me.
”eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me, eye mida akpe na Mawu, Fofo la, ɖaahe le nuwo katã ŋuti le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me, eye mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Kristo vovɔ̃ me.
”elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla. Gake la alesi hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la, nenema ke nyɔnuwo hã nawɔ na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo le nuwo katã me. Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene, bene yeakɔ eŋu, esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me megbe la, bene ye ŋuta natsɔe aɖo tsitre na eɖokui wòanye ŋutikɔkɔehame, si ŋuti ɖiƒoƒoa ɖeke alo ayilélea ɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke naganɔ o, ke boŋ la, bene wòana kokoe, eye mokakaa ɖeke naganɔ eŋuti o;
”elabena amea ɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi, abe alesi Aƒetɔ la wona na hame la ene; elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso. „Eyata ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la katã woanye ŋutilã ɖeka. Nya ɣaɣla sia lolo, ke nye la mele egblɔm le Kristo kple hame la ŋuti.
”Azɔ la ne nuxɔxlɔ̃a ɖe li le Kristo me, ne lolo ƒe dziɖeƒonyaa ɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadedea ɖe li, ne dɔmetɔtrɔa ɖe kple nublanuikpɔkpɔa ɖe li la, ekema miyɔ nye dzidzɔ la fũ, bene miaƒe tamesusu nana ɖeka, le esi lɔlɔ̃ ɖeka ma ke le mia si, eye mietsɔa gbɔgbɔ ɖeka susua nu ɖeka la ŋuti, migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui; amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ to dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu to la hã dzi!
”Mizu hanyesrɔ̃lawo, nɔviwo, eye milé ŋku ɖe amesiwo zɔna nenema ke la ŋuti, abe alesi míenye kpɔɖeŋu na mi ene:
”Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.
”eye eyamae nye ŋutilã, si nye hame la ƒe ta, amesi nye gɔmedzedze kple ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome, bene wòanye gbãtɔ na nuwo katã;
”Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta, esi ƒe subɔla mezu le Mawu ƒe xɔnuvinyenye, si wonam le mia ta la nu, bena mawu mawunya ƒe do la nu:
”eye melé ɖe ta ŋuti o, amesi gbɔ ŋutilã blibo la katã kpɔa kpekpeɖeŋuti tsonɛ, eye wobiae ɖeka to ƒunuɖeƒeewo kple kawo me, eye wotsina le tsitsi, si tsoa Mawu gbɔ la nu.
”Eyata esi míenye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nyaa ɖe le amea ɖe si ɖe amea ɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu. Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo! Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.
”ke boŋ abe alesi Mawu kpo mí míedze bena, wòtso nyanyuie la de asi na mí ene la, nenema ke míegblɔnɛ; menye abe amesiwo dzea amewo ŋu ene o, ke boŋ abe amesiwo dzea Mawu, si dzroa míaƒe dziwo me kpɔna la ŋu ene. Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila! Eye miedi bubu tso amewo gbɔ hã o, eɖanye miawo alo ame bubuwo gbɔ o, wònye míate ŋu aɖo ame mía ɖokui abe Kristo ƒe apostolowo ene hafi, ke miefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene, nenema ke esi mielɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo. Elabena, nɔviwo, mieɖo ŋku míaƒe agbagbadzedze kple kutrikuku dzi: Zã kple keli miewɔ dɔ, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o, eye ale míegblɔ Mawu ƒe nya la fia mi.
”Ke le nɔvilɔlɔ̃ ŋuti la mehiã mi bena, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o; elabena Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo;
”Eyata mifa akɔ na mia nɔewo, eye mido ŋusẽ mia nɔewo, abe alesi miewɔna hã ene. Ke míele kuku ɖem na mi, nɔviwo: Midze si amesiwo wɔa dɔ vevi le mia dome, eye wonɔ mia nu le Aƒetɔ la me, eye woglɔ̃a nu mi la, eye bena míabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me le mia nɔewo dome. Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.
”ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti; nusiwo nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi bena, wobu mi be, miedze Mawu ƒe fiaɖuƒe, si ŋuti míekpe fu ɖo la,
”Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.
”Ke ne amea ɖe meɖo to miaƒe nya, si le agbalẽ sia me o la, miɖe dzesi eyama, eye migade ha kplii o, bene ŋu nakpee. Ke miabui abe futɔ ene o, ke mixlɔ̃ nui abe nɔvi ene boŋ.
”nusiwo gbɔ amea ɖewo tre mɔ tso, eye wogbugbɔ yi ɖe nuƒoƒo dzodzrowo gbɔ hele didim be, yewoanye sefialawo, eye womenya nusiwo wogblɔna alo nusiwo dzi woka ɖo la gɔme o.
”nusia ŋuti woɖom ɖi menye gbeƒãɖela kple apostolo — nyateƒe gblɔm mele, nyemele aʋatso kam o — kple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala le xɔse kpakple nyateƒe me. Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.
”Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o, ke nusi dze nyɔnu, siwo nua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawo leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me. Nyɔnu la nasrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi kple toɖoɖo katã me. Ke nyemeɖe mɔ na nyɔnu be, wòafia nu, eye wòaɖu ŋutsu dzi o, ke boŋ wòalé eɖokui kpoo. Elabena womè Adam gbã, emegbe la Xawa? Eye womeble Adam o, ke nyɔnu lae woble, eye wòge ɖe vodada me.
”Nyateƒenya wònye: Ne amea ɖe le dzikpɔladɔ dim la, ele dɔwɔwɔ nyui dim. Azɔ la ele na dzikpɔla bena, mokaka naganɔ eŋu o: Wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ɖokuidziɖula, ame ɖɔŋuɖo, nudzeamewɔla, amedzrowɔla, amesi nya nufiafia; menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o, amesi kpɔa ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie, amesi si vi ɖotowo le, eye wòléa eɖokui nyuie; — ke ne amea ɖe menya alesi wòa kpɔ ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi o la, aleke wòakpɔ Mawu ƒe hame la dzi mahã? — Menye amesi ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o. Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.
”Nenema ke subɔlawo hã nalé wo ɖokui nyuie: Wòaganye aɖeveetɔwo o, wòaganye aha geɖe nolawo o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o, woalé xɔse ƒe nya ɣaɣla la ɖe asi le dzitsinya dzadzɛ me. Ke woado amesiawo hã akpɔ gbã, eye ne mokaka mele wo ŋu o la, ekema mina woasubɔ. Nenema ke nyɔnuwo hã nalé wo ɖokui nyuie: Woaganye ameŋuzɔlawo o, woanye amè ɖɔŋuɖowo, nuteƒewɔlawo le nusianu me. Subɔlawo nanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, eye woakpɔ wo viwo kple woa ŋutɔwo ƒe aƒewo dzi nyuie. Elabena amesiwo subɔna nyuie la, wowɔa nɔƒe nyui na wo ɖokui, eye wokpɔa dzideƒo geɖe le xɔse, si le Kristo Yesu me la me.
”ke ne metsi anyi la, ne nanya alesi dze wò be, nazɔ le Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la me.
”Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia
”Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me. Ke nagbe yakagli makɔmakɔ, siwo nyagãwo tona; boŋ do vevie mawusosroɖa.
”De nusiawo ƒe se, eye nafia wo. Megana amea ɖeke naɖo vlo wò ɖekakpuinyenye o, ke boŋ nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me. Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava. Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o. Lé be na nusiawo, nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me. Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.
”Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la. Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Megabla nu na nyitsu, si le mɔli tugum la o,“ eye: „Dɔtsɔla dze eƒe fetu.“ Ne wotso hamemegãa de nu la, megaxɔe o, negbe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu ko. Amesiwo wɔ nuvɔ̃ la, ka mo na wo le amewo katã ŋku me, bene mamleawo hã navɔ̃. Mele atam kam na wò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋku me bena, nalé nusiawo me de asi, eye amea ɖewo ƒe nu naganyo ŋuwò awu amea ɖewo o, eye megawɔ naneke alé go ɖeka me awu bubu o. Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.
”Fia nusiawo, eye nanɔ nuxɔxlɔ̃ dzi! Ne amea de fia nu bubu, eye meléna de Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nya, siwo le blibo, kple nufiafia, si le mawusubɔsubɔ nu la, nu o la,
”esi nu woɖom menye gbeƒãɖela kple apostolo kpakple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala, nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.
”eye nusiwo nèse tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome la, nu mawo ke natsɔ ade asi na ame wɔnuteƒewo, amesiwo ate ŋu afia nu ame bubuwo hã. Azɔ wò la, do dzi le fukpekpe me abe Yesu Kristo ƒe aʋawɔla nyui ene.
”Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene. Ke si le dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo nu; elabena woayi dzi geɖe wu le mawumavɔ̃mavɔ̃ me, eye woƒe nya la keke ɖe dzi abe abi vɔ̃ ene, amesiwo dome Himenaio kple Fileto wole, amesiwo tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ hele gbɔgblɔm bena, tsitretsitsi va yi xoxo, eye wotrɔa amea ɖewo ƒe xɔse tsyɔa anyi. Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.
”Ke gbe bometsitsi ƒe yakanukutsyɔtsyɔwo, elabena ènyae bena, wòhea dzre ko vɛ. Ke ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiãa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la, eye woaganyɔ̃ avo atso Abosam, si lé wo aboyo, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe mɔ me mahĩ.
”Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.
”Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me: Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me. Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ. Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.
”Eyata megblẽ wò ɖe Kreta, bena naɖo nusiwo susɔ la teƒeteƒe, eye naɖo hamemegãwo le du sia du me, abe alesi mede se na wò la ene: Amesi ke nye mokaka manɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, amesi si vi xɔsetɔ, siwo nu wometso be, wòwɔa nu vlo alo womeɖoa to o la le. Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o; ke boŋ wòanye amedzrowɔla, nunyuilɔ̃la, ame ɖɔŋuɖo, dzɔdzɔetɔ, kɔkɔetɔ kple ɖokuidziɖula, amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafia la nu, bena wòate ŋu axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo.
”Gblɔ nusiawo, eye naxlɔ̃ nu, eye naka mo kple ŋusẽ katã! Megana amea ɖeke nado vlo wò o!
”esime wògblɔ bena: „Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbe ƒã na nɔvinyewo, le hame la titina madzi ha akafu wò.“ Eye wògagblɔ be: „Matsɔ nye ŋuɖoɖo aɖo edzi.“ Eye wògagblɔ be: „Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Mawu tso nam la, enye esi.“ Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la,
”ke Kristo la nye nuteƒewɔla abe Vi ene le eƒe aƒe dzi; amesi ƒe aƒe míawo míenye, nenye be, mielé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe asi sesĩe vaseɖe nuwuwu.
”ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔa ɖeke ƒe dzime o.
”Elabena ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mí be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye míezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene. Elabena amesiame, si nɔa notsi nom la, menya naneke le dzɔdzɔenyenye ƒe nya ŋuti o; elabena vidzie ko wònye. Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.
”eye esi nunɔlagã, si le Mawu ƒe aƒe nu la, le mia si ŋuti la,
”eye míalé ŋku ɖe mia nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.
”Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,
”Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.
”Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o. Mido gbe ɖa ɖe mia ta; elabena míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mia si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.
”Elabena ne ŋutsua ɖe de sikasigɛ asi, eye wòɖo awu nyui heva yi ɖe miaƒe ƒuƒoƒe, eye ame dahea ɖe hã do awu ƒoɖi va me, eye mielé ŋku ɖe amesi do awu nyui la ŋu, eye miegblɔ bena: Wò la bɔbɔ nɔ teƒe nyui sia, eye miegblɔ na ame dahe la bena: Wò la tsi tre ɖe afima alo bɔbɔ nɔ afii le nye afɔɖodzinu te la, ɖe miede vovo amewo dome le mia ɖokui me, eye miezu tamesusu vɔ̃wo ʋɔnudrɔ̃lawo o mahã? Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?
”Ne mia dome amea de ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye wòasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee. Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.
”eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi. Eyata wòle ŋɔŋlɔ la me bena: „Kpɔ ɖa, meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.“ Azɔ mi amesiwo xɔe se la, enye kpe xɔasi na mi; ke dzimaxɔsetɔwo la, kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke zu dzogoedzikpe kple nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa na wo, amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo. Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia, mi amesiwo menye dukɔ tsã o; ke azɔ la míenye Mawu ƒe dukɔ, mi amesiwo womekpɔ nublanui na o, ke azɔ la wokpɔ nublanui na mi.
”Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi. Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o. Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene. Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Elabena azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me; ke ne wodze egɔme tso mía dzi la, ekema nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe nyanyuie la o mahã?
”Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be: Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa; menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene, ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la. Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.
”Mitsɔ lɔlɔ̃nugbugbɔ ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi amesiwo katã le Kristo Yesu me!
”Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi. Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo, eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.
”nusi miekpɔ, eye miese la, mieɖea gbe ƒãe na miawo hã, bene miawo hã miado ƒome kpakpli mí, eye míaƒe ƒomedodo la li kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.
”ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.
”Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.
”Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.
”Nya siawo meŋlɔ ɖo ɖe mi le amesiwo le mia blem la ŋuti. Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.
”Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso. Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o. Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene mialɔ̃ mía nɔewo;
”Míawo la míenyae be, mieto ku me heyi ɖe agbe lãme; elabena míelɔ̃a nɔviwo. Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me.
”Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, miatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta. Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã? Viwo, migana miatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ miatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.
”Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.
”Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.
”Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame la; gake Diotrefo, si le didim be, yeaɖo ta ɖe wo nu la, mexɔ mi o. Eyata ne meva la, maɖo ŋku eƒe dɔwɔwɔ, siwo wòwɔna kple nya vɔ̃, siwo wònɔa gbɔgblɔm ɖe mía ŋuti la dzi; eye nusiawo mesu me nɛ o: Eya ŋutɔ hã mexɔa nɔviawo o, eye wòxea ma na amesiwo lã be, yewoaxɔ wo, eye wòɖea wo le ha me. Lɔlɔ̃tɔ, megasi nu vɔ̃ɖi o, ke srɔ̃ nu nyui boŋ. Amesi wɔa nu nyui la, Mawu gbɔ wòtso, eye amesi woa nuvɔ̃ la, mekpɔa Mawu o.
”Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ,
”Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawoe nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawoe nye hame adreawo.
”Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Efeso la, ƒe dɔla bena: Amesi lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi, amesi le sikakaɖiti adreawo titina zɔm la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèɖo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye, eye nèɖo dzi, eye nèdze agbagba le nye ŋkɔa ŋuti, eye ɖeɖi metea ŋuwò o. Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi. Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o. Gake esia le asiwò bena, nèléa fu nikolaitɔwo ƒe nuwɔwɔ, siwo nye hã meléa fui la. Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.
”Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ. Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò! Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.
”Ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Pergamo la ƒe ɖɔla bena: Amesi yi ɖaɖɛ nuevee le esi la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o. Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi. Nenema ke amesiwo lé nikolaitɔwo ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò. Azɔ trɔ le wò dzi me: ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò. Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.
”Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Tiatira la, ƒe ɖɔla bena: Mawuvi, amesi ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzẽ biabia ene la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wo subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye bena wò dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu gbãtɔwo. Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo. Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o. Kpɔ ɖa, matsɔe aƒu aba dzi, eye amesiwo wɔ ahasi kpakplii la, ne wometrɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me o la, matsɔ wo aƒu xaxa gãa ɖe me? eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu. Ke mele gbɔgblɔm na mi ame mamletɔwo le Tiatira, amesiwo katã melé nufiafia sia me ɖe asi o, amesiwo menya Satana ƒe globoƒewo (abe alesi woyɔnɛ ene) o la: Nyemele agba bubua ɖeke da ge ɖe mia dzi o; negbe nusi le mia si la, milé eme ɖe asi sesĩe, vaseɖe esime mava. Eye amesi ke ɖu dzi, eye wòlé nye dɔwɔwɔwo me ɖe asi yiɖase ɖe nuwuwu la, mana ŋusẽe ɖe trɔ̃subɔlawo dzi, eye wòakplɔ wo kple gatikplɔ, eye woagbã wo gudugudu abe zemela ƒe zewo ene, abe alesi nye hã mekpɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene, eye matso ŋukeɣletivi anɛ. Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Eye ŋlo ɖo ɖe hame, si le Sardes la, ƒe dɔla bena: Amesi si Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo le la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo bena, ŋkɔ le asiwò be, èle agbe, eye nèku. Nɔ ŋudzɔ, eye nado ŋusẽ nusiwo susɔ le kuku ge la; elabena nyemekpɔ wò dɔwɔwɔwo le blibo le nye Mawu ƒe ŋku me o. Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o. Gake la èkpɔ ŋkɔ ʋeea ɖewo le Sardes, esiwo meƒo ɖi woƒe awuwo o, eye woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabena wodze. Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me. Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo! Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔtru, si le nuvo la, ɖo ŋkuwò me, eye amea ɖeke mate ŋu atui o; elabena ŋusẽ ʋeea ɖe koe le asiwò, eye nèlé nye nya la me ɖe asi, eye megbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o? Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò. Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me. Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o. Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu. Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo bena, mefa hã o, mèdze dzo hã o. Ɖe medi be, ɖewo nafa alo nadze dzo. Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me. Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o. Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu. Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me? Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim. Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene. Amesi ke to li nɛ la, nèse nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome.
”Eye wotsɔ ayeti, si le abe atitɔɖeŋu ene la, de asi nam hegblɔ bena: Tsi tre, eye nadzidze mawuxɔ la kple mlekpui la kpakple amesiwo doa gbe ɖa le eme la.
”Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.
”Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le.
”Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu.
”Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o,
”Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.
”Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mí ɖeviwo kple ame tsitsiwo! Eye mese gbea ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum! Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo. Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo. Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.
”Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene. Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.
”Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adre, siwo yɔ fũ kple fuwɔame mamletɔ adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka va, eye wòƒo nu kplim gblɔ bena: Va abi, ne mafia ŋugbetɔ, si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò! Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam, esi ŋu Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le; eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔa ɖe ene, hele abe yaspis-kpe, si me kɔ abe kristalo ene; gli kɔkɔ gãa ɖe le eŋu; agbo wuieve le eŋu, eye mawudɔla wuieve le agboawo tame, eye woŋlɔ ŋkɔ, siwo nye Israel-viwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo la, ɖe wo ŋuti. Ɣedzeƒe gome la agbo etɔ̃ li, eye anyiehe gome la agbo etɔ̃ li, dziehe gome la agbo etɔ̃ li, eye ɣetoɖoƒe gome la agbo etɔ̃ li. Gɔmeɖoɖo wuieve li na dua ƒe gli la, eye Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu.
”Eye nyemekpo gbedoxɔa ɖeke le eme o; elabena Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, kple Alẽvi la wonye eƒe gbedoxɔ.
”Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla lã, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.
”