08 – Yesu
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Yesu.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Yesu.
Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o; eɖanye fiazikpuiwo o; alo aƒetɔnyenyewo o; eɖanye dziɖulanyenyewo o alo ŋusẽwo o: Wowɔ nuwo katã to eyama me, eye wowɔ wo hena eyama, eye eyama tre dzɔdzɔ na nuwo katã, eye nuwo katã nɔa anyi le eyama me,
”Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me. Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“
”Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo, wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu! Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.
”Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.
”Tete Isak gblɔ na fofoa Abraham bena: Fofonye! Eɖo ŋu ne bena: Nye enye si, vinye! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dzo kple nake enye si, ke afika alẽ le miatsɔ ame nui? Abraham xɔ edzi bena: Vinye, Mawu ŋutɔ aɖi alẽ miatsɔ amè nui. Eye wo kpakple eve wogayi ŋgɔ.
”Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ;
”Ne amea ɖe da ƒu le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka me, eye menyae o la, eda vo, eye fɔɖiɖi la le edzi. Eye wòatsɔ agbo, si so blibo, eye wòdze na fɔɖiŋuvɔsa la, ava nunɔla gbɔ, eye nunɔla la nalé avu ne le eƒe ŋu, si wòɖe ɖi, eye menyae o la ta, eye woatsɔe akee.
”Ke nyea menyae be, nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me.
”Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Agudzedzezinɔ“ ƒe gbe ŋu. Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi? Nye hũɖeɖe ƒe nyawo metsɔ ɖe nye xɔname gbɔ o.
”Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, nye ƒuwo katã dudu; nye dzi zu abe anyigba ene helólo ɖe dɔ me nam. Ami ƒu le ƒuto me nam abe sonugaglɛ ene, nye aɖe le ɖe nye veme, eye nètsɔm ɖo ku ƒe ʋuʋudedi me. Elabena avũwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye woku nye asiwo kple afɔwo. Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo katã. Ke woawo kpɔe, eye wofɔ ŋku ɖe dzinye. Womã nye avɔwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.
”Metsɔ nye gbɔgbɔ le asiwò me dem; Yehowa, eɖem, wò Mawu nuteƒetɔ.
”Ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, womaŋe wo dometɔa ɖeke o.
”Xɔ̃nye kekeake, amesi ŋu meɖoa ŋu ɖo, eye wòɖua nye abolo la, kɔ afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.
”Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.
”Matsɔe aɖo ŋgɔgbevi kple tatɔe ɖe anyigba dzi fiawo nu.
”Kpe, si xɔtulawo gbe la, eyae trɔ zu dzogoedzikpe.
”Ameka lia yi dziƒo gaɖi va anyi? Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via? Enyaea?
”Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ. Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee. Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!
”Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“. Notsi kpekẽ kple anyitsi wòano, vaseɖe esime wòanya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia. Elabena hafi ɖevi la nava nya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia la, anyigba, si ƒe fia wo kple eve le ŋɔ dzim na wò la, lazu gbegbe!
”Dukɔ, si le viviti me zɔm la, kpɔ kekeli gãa ɖe, amesiwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ ɖe wo dzi.
”Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.
”Eye atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me, eye dzedze atso eƒe ke me atse ku. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.
”Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa xa anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene. Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.
”Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ali kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.
”Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.
”Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
”Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.
”Kpɔ ɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me, woadoe ɖe dzi, axɔ ŋkɔ, eye wòaɖo kpo ŋutɔ. Alesi ame geɖewo ƒe nu ku ɖe ŋuwò, alesi eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔwo tɔ, eye eƒe kpɔkpɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ la, nenema wòana dukɔ geɖewo ƒe nu naku, eye fiawo ƒe nu ade ga le eta, elabena nusi womegblɔ na wo kpɔ o la, wokpɔ, eye nusi womese kpɔ o la, wodze sii.
”Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo? Edze abe atilɔ fẽ ene le eŋku me, eye abe ke ƒe dzedzè tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme kple ɖekadzedze mele eŋu, ne míaɖe ŋku ɖee o, eye kpɔkpɔme mele eŋu, ne eƒe nu nadzro mí o. Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o. Ke eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòɖe ta miaƒe vevesesewo te; evɔ wònye míawo míebui abe amesi wohe to na, amesi Mawu ƒo, eye wòwɔ funyafunyae ene hafi. Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí. Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi. Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o. Woɖee le xaxa kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye eŋɔlimeviwo dometɔ kae bu eŋuti kpɔ be, woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, eye wowɔ fui le nye dukɔ ƒe dzidadawo ta? Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye esi wòku la, enɔ vodalawo dome, evɔ wònye mesẽ ŋuta o, eye alakpa menɔ eƒe nu me kpɔ o hafi. Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi. Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te. Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.
”Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe; maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne mafa akɔ na konyifalawo katã; ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.
”Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye dzidzimevi dzɔdzɔea ɖe ado na Dawid, aɖu dzi abe fia ene, eye woawo nu ɖe nunya me, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba dzi.
”Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe. Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe; ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe. Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.
”Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.
”Tete fia Nehukadnezar ƒe nu ku, eye wòtso zi ɖeka kplà gblɔ na eƒe adaŋudelawo bena: Ɖe menye ŋutsu etɔ̃e míebla tsɔ ƒu gbe de dzoa me oa? Woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ẽ, fia! Exɔ edzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mele ŋutsu ene kpɔm, ka tu le wo ŋu, eye wole tsatsam le dzoa me, eye womexɔ abi o; enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi la ene.
”Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi eye amegã ɖeɖia ɖe bɔbɔ nɔ edzi, eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi. Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.
”Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.
”Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi. Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.
”Ke wò Betlexem Efrata, esi nènye suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewò Israel ƒe dziɖula le dzɔdzɔ ge atso nam, amesi dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.
”Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.
”Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ asu gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye made ŋutifafa teƒe sia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!
”Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.
”Eye Yehowa gblɔ nam bena; Tsɔ fetu gbogbo ma, si wohe, ye-wotsɔ de bubu ŋunye la, ƒu gbe ɖe nudzraɖeƒe la me. Tete metsɔ klosalo sekel blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe me.
”Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.
”Eye ne wogblɔ nɛ be: Abi kawoe nye esi le asi ŋu na wò hã la, aɖo ŋu be: Ɖe woƒom le xɔ̃nyewo ƒe me. Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.
”Yesu Kristo, si nye Dawid vi, amesi nye Abraham vi la, ƒe dzidzimegbalẽ.
”eye Yakob dzi Yosef, si nye Mana, amesi dzi Yesu, si woyɔna be Kristo la, srɔ̃.
”Azɔ dzidzimeawo katã tso Abraham dzi vaseɖe Dawid dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso Dawid dzi vaseɖe kpakple yi ɖe Babilonia dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso kpɔkplɔ yi ɖe Babilonia dzi vaseɖe Kristo dzi la wole dzidzime wuiene.
”Ke Yesu Kristo ƒe dzidzi le ale: Esime wodo dadaa Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.
”Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me. Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“
”eye menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.
”Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena: Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi. Ke esi fia Herodes se esia la, dzika tso eya kple Yerusalem katã ƒo. Eye esi wòƒo dukɔ la ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã nu ƒu la, edzro me bia wo afisi wodzi Kristo la le. Eye wogblɔ nɛ be: Le Betlexem le Yudea, elabena nenema woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi bena: „Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“
”Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.
”Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi; amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.
”Le ɣemaɣi me Yesu tso Galilea va Yohanes gbɔ le Yordantɔsisi la to, bena woade mawutsi ta na ye. Ke Yohanes xe mɔ nɛ gblɔ bena: Nye boŋ wòhiã bena, wò nade mawutsi ta na, eye wòa nèva gbɔnyea? Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ. Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi: eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!
”Tete Gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedzii, bena Abosam natee akpɔ. Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui.
”Tso ekema dzi la Yesu de asi gbeƒãdeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!
”Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome. Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu. Eye ameha geɖewo dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem, Yudea kpakple Yordan godo.
”Migabu xa bena, meva se la alo nyagblɔlawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ wo nu wu ge meva.
”Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe?
”Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.
”Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.
”Eye ameawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ bena: Ameka ƒomevi enye sia be, yawo kple ƒu hã ɖoa toe?
”Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?
”Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi; tete wògblɔ na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ, wò aba dzi, eye nayi aƒewò me!
”Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.
”Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.
”Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.
”Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me; ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.
”Migaɖu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ. Elabena meva ame kple fofoa, vinyɔnuvi kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome mã ge;
”Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o. Eye amesi ke metsɔ eƒe atitsoga ɖo eɖokui dzi dze yonyeme o la, eya medzem o.
”Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu hã, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesia enye nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. Eye nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.
”Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.
”Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena ye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.
”Elabena Sabat ƒe aƒetɔ enye Amegbetɔvi la.
”Eye dukɔwo lakpɔ mɔ na eƒe ŋkɔ.“
”Tete wotsɔ amea ɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔe. Eye wòda gbe le eŋu ale bena, aɖetututɔ la ƒo nu, eye wòkpɔ nu. Eye kuvia ɖo ameha la katã, eye wogblɔ bena: Alo nenem me sia la menye Dawid vie o ɖe?
”Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;
”Ke ne nye la menyãa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa go to Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dzi la, ekema Mawu ƒe fiaɖuƒe la do ɖe mia dzi.
”elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.
”Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.
”Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, exe woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me,
”Eye wòɖo bena, amehawo nabɔbɔ nɔ gbea dzi; eye esi wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye esi wòŋe wo me la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na amehaawo. Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wòfɔ kakɛ, siwo susɔ la, ɖe xevi wuieve me fũ. Ke amesiwo ɖu nua la, woanɔ ŋutsu akpe atɔ̃, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
”Ke le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me la Yesu le ƒu dzi zɔm gbɔna wo gbɔ. Ke esi nusrɔ̃lawo kpɔe wòle ƒu dzi zɔm gbɔna la, dzika tso wo ƒo, eye wogblɔ bena: Ŋɔlie! Eye wodo vɔvɔ̃ɣli.
”Ke amesiwo le ʋua me la, dze klo nɛ gblɔ bena: Mawuvi nenye vavã.
”Eye esi afimatɔwo dze sii la, woɖo du ɖe afimanutoawo katã me godoo, eye wotso dɔlélawo katã va egbɔ; eye wova ɖe kuku nɛ bena, yewoade asi teƒe awuto ko ŋuti; eye ame geɖe alesi nu de asi eŋu la, ƒe lãme sẽ.
”Eye ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi ve, eye wotso wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu.
”eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la. Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wolɔ abolo kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi adre me fũ. Eye amesiwo ɖu nua la, wole ŋutsu akpe ene, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele me o.
”Eye Simon Petro xa edzi gblɔ bena: Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe vi!
”Tete wòde se na nusrɔ̃lawo bena, woagagblɔe na amea ɖeke bena, yee nye Kristo la o.
”Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.
”Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.
”Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?
”Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!
”Ke esi woƒo wo ɖokui nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena: Wole Amegbetɔvi la ɖe ge asi na amewo eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la wòafɔ. Eye woxa nu ŋutɔ.
”Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi. Elabena Amegbetɔvi la va be, wòaɖe nusiwo bu la.
”Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.
”Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo, eye woatso kufia nɛ; eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo, bena woaɖu fewu le eŋuti, eye woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋuti; eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre?
”abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.
”Eye ameha la dome ame geɖe ŋutɔ tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe maƒo; ke bubuwo lã ati ƒe alɔwo kaka ɖe mɔƒo. Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!
”Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi; eye wògblɔ na wo bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Nye aƒe la, woayɔe be gbedoxɔ; ke miawo mietsɔe wo adzodalawo ƒe ɖoe. Eye ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le mawuƒe la me, eye wòda gbe le wo ŋu. Eye esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo wòwɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dome na wo.
”Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã? Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la. Eye amesi ke ladze kpe sia dzi la, aŋe gudugudu; eye amesi ke dzi wòadze la, atui memie.
”Ke esi farisitɔwo ƒo ƒu la, Yesu bia wo bena: Aleke miebuna le Kristo la ŋutii? Ameka vi wònyea? Woɖo ŋu nɛ bena: Dawid vie. Egblɔ na wo bena: Aleke gɔ̃ wo Dawid yɔe le gbɔgbɔ me be Aƒetɔ, esi wògblɔ bena: „Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena: Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò ketɔwo aɖe wò afɔ te.“ Azɔ ne Dawid yɔe be Aƒetɔ la, aleke wɔ wònye via mahã? Eye amea ɖeke mete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ, alo do dzi gabia nyaa ɖee tso ŋkeke ma dzi heyina o.
”Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.
”Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.
”Elabena alesi dzi kea dzo le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒee la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.
”Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.
”Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
”Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsa gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me. Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!
”Eye esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã! Eye wòtso kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la ta, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la. Ke mele egblɔm na mí bena: Tso esia dzi la nyemegale weinkutsetse sia me tsi no ge, vaseɖe ŋkeke ma dzi, esi mía kpli mi miano yeye le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me o.
”Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.
”Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã? Ke aleke awɔ ne woawu ŋɔŋlɔawo nu mahã? Elabena ele be, woava me nenema tsã!
”Ke Yesu zi kpi. Eye nunɔlagã la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la! Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.
”Tete woɖe ta ɖe mo nɛ, wotu koe, eye amea ɖewo hã ƒo tome nɛ le gbɔgblɔm bena: Kristo, amekae ƒo wò, gblɔe fia mi.
”Eye Yesu le tsitre ɖe mɔ̃mefia la ƒe ŋku me, eye mɔ̃mefia la biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.
”Eyaŋuti esi woƒo wo ɖokui nu ƒu la, Pilato gblɔ na wo bena: Ameka ŋue mielɔ̃ bena, maɖe asi le na mia? Baraba loo alo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã?
”Pilato gblɔ na wo bena: Ekema nuka mawo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã? Wo katã wogblɔ bena: Na woaklãe ɖe ati ŋuti!
”Eye woɖe awu le eŋuti, eye wotsɔ awu dzi ʋlaya hedo nɛ. Eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ, eye wotsɔ ayeti de nuɖusi me nɛ, eye wodze klo ɖe eƒe ŋku me, ɖu fewu le eŋuti gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye woxɔ ayeti la ƒo tame nɛ. Eye esi woɖu fewu le eŋuti vo la, woɖe awu ʋlaya la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋuta ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.
”Eye woŋlɔ eƒe nutsonya ɖo tagbɔ nɛ bena; Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la, enye esi!
”Nenema ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo le fewu ɖum le eŋuti le gbɔgblɔm bena: Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye miaxɔ edzi ase. Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya naɖee azɔ, ne elɔ̃nɛ, elabena egblɔ be, Mawuvi yenye.
”Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani! si gome enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?
”Eye Yesu gado ɣli kple gbe sesĩe, eye wòtso eƒe gbɔgbɔ la hena. Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo, eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe, siwo ɖo alɔ̃ la, ƒe ŋutilãwo tsi tre, eye esi wodo go tso yɔdowo me le eƒe fɔfɔ megbe la, woyi ɖe du kɔkɔe la me, eye woɖe wo ɖokui fia ame geɖewo. Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia!
”Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi. Eye eƒe kpɔkpɔme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene; ke dzɔlawo dzo nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene le ŋɔ, si wòdzi na wo la ŋuti. Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele. Mele afisia o, elabena etsi tre, abe alesi wògblɔ ɖi ene. Mite va kpɔ afisi wòmia la ɖa. Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome; eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afima míakpɔe le; kpɔ ɖa, metoe na mi.
”Eye kpɔ ɖa, Yesu va kpe wo gblɔ bena: Miɖo aƒe! Eye wote ɖe eŋu lé eƒe afɔwo hedze klo nɛ. Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.
”Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.
”Yesu Kristo, si enye Mawuvi la, ƒe nyanyuie la ƒe gɔmedzedze enye esi.
”Nye la metso tsi de mawutsi ta na mi; ke eya la atsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ade mawutsi ta na mi.
”Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me bena, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes de mawutsi ta ne ɖe Yordan-tɔsisi la me. Eye enumake esime wòle go dom tso tsia me la, ekpa dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ la le abe akpakpa ene hele ɖiɖim ɖe edzi; eye gbe ɖi tso dziƒowo bena: Wòe nye vinye, si gbe nyemelɔ̃a nu le o, wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena. Eye enumake Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe gbedzi. Eye wònɔ gbeadzi ŋkeke blane, eye Satana tee kpɔ, eye wònɔ anyi kple gbemelã wɔadãwo, eye mawudɔlawo va subɔe.
”Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la. Eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti; elabena efia nu wo abe amesi si ŋusẽ le la ene, eye menye abe agbalẽfialawo ene o. Eye enumake amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, le woƒe ƒuƒoƒe, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu blu ɖe eta bena: Mia wò nu, eye nado go le eme! Eye gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe, eye wòdo go le eme. Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe. Eye enumake lã eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea-nutowo katã me godoo.
”Eye wòda gbe le amesiwo katã le da bubu ƒomeviwo katã lém la ŋu, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do goe, eye mede mo na gbɔgbɔ vɔ̃wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae.
”Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.
”Eye afisi wòyina ɖo le kɔƒewo alo duwo me alo agbletawo la, wotsɔa dɔlélawo va dana ɖe ablɔwo me, eye woɖea kuku ne bena, yewoade asi eƒe awuto ɖeɖeko ŋu; eye ame alesi nu de asi eŋu ko la, ƒe lãme sẽna.
”Eye wòbia wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wòe nye Kristo la.
”Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.
”Elabena efia nu eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo bena: Woade Amegbetɔvi la asi na amewo, eye woawui, eye ne wowui la, agatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.
”Eye esi wole mo dzi yina Yerusalem la, Yesu dze wo ŋgɔ, eye woƒe mo wɔ yaa, ke amesiwo dze eyome la, wovɔ̃. Eye esi wògayɔ ame wuieveawo va egbɔe la, ede asi nusiwo le edzi va ge la, gbɔgblɔ me na wo bena: Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo, eye woatso kufia nɛ, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo; eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.
”Elabena Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.
”Eye wova Yerusalem; eye esi wòyi ɖe mawuƒe la me la, ede asi amesiwo le nu dzram kple amesiwo le nu ƒlem le mawuƒe la me la, nyanyã me do goe, eye wòmũ gaɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le ahɔ̃newo dzram la, ƒe zikpuiwo ƒu anyi. Eye meɖe mɔ bena, amea ɖeke netso goe ato mawuƒe la me o. Eye wòfia nu gblɔ na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe ɖoe. Eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo see, eye wodi, alesi woawɔ awui, elabena wovɔ̃e; elabena kuvia ɖo ameha blibo la katã le eƒe nufiafia la ŋuti.
”Eye esi Yesu le nu fiãm le mawuƒe la me la, exɔ dzi gblɔ bena: Aleke wɔ, eye agbalẽfialawo le gbɔgblɔm bena, Kristo la nye Dawid vi mahã?
”Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.
”Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe.
”Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
”Ke esi wole nua dum la, etsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe me, eye wòtsɔe na wo gblɔ bena: Mixɔe ɖu, esia nye nye ŋutilã. Eye wòtso kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo, eye wo katã wono le enu. Eye wògblɔ na wo bena; Esia nye nye nubabla yeye ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.
”Ke ezi kpi, eye meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o. Nunɔlagã la gabiae gblɔ nɛ bena: Alo wòe nye Kristo, Mawu, si wokafuna la, ƒe Vi mahã? Eye Yesu gblɔ bena: Nyee! Eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo.
”Eye Pilato biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo eŋu nɛ gblɔ bena: Wòe gblɔe.
”Eye wotsɔ awu dzi ʋlaya hedo nɛ, eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ; eye wode asi gbedodo me nɛ bena: Eme nefa na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woƒo tame nɛ kple ayeti, eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye wodze klo nɛ hede ta agu nɛ. Eye esi woɖu fewu le eŋuti vɔ la, woɖe awu dzi la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe do goe, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.
”Eye woŋlɔ eƒe nutsotso heɖo eƒe tagba bena: Yudatɔwo ƒe fia la. Eye woklã adzodala eve hã kpe ɖe eŋuti, ɖeka le eƒe nuɖusi me, eye ɖeka le eƒe mia me. Eye wowu ŋɔŋlɔ, si woŋlɔ ɖi la nu bena: „Wobui kpe ɖe vodalawo ŋuti.“
”Kristo, Israel ƒe fia la, azɔ ɖi le atitsoga la ŋuti, bena míakpɔe, eye miaxɔ ase! Eye amesiwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la, woawo hã dzui.
”Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani? Esi, ne woɖe egɔme la, enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?
”Ke Yesu gado ɣli kple gbe sesĩe, eye wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ la hena. Eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagbɔ vaseɖe egɔme. Ke esi aʋafia, si le tsitre dze ŋgɔe la, kpɔ bena, etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na ale la, egblɔ bena: Nyateƒe, nenem me sia enye Mawuvi.
”Eye esi woyi ɖe yɔdo la me la, wokpe ɖekakpuia ɖe le nuɖusi gome le anyinɔƒe, eye wòdo awu ɣi ʋlaya, eye dzidzi ƒo wo. Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa! Ke miheyi ɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo kple Petro hã bena: Edze mia ŋgɔ yina Galilea, afima miakpɔe le, abe alesi wogblɔ ɖi na mi la ene. Eye esi wodo go la, wòsi tso yɔdo la gbɔ; elabena dzodzo nyanyanya kple ŋɔdzi lé wo, eye womegblɔ nyaa ɖeke na amea ɖeke o; elabena wovɔ̃.
”Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me. Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me.
”Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.
”Eye Maria gblɔ na dɔla la bena: Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã? Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.
”Eye wòdzi ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi, eye wòxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me; elabena womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe o.
”elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me. Eye esia anye dzesi na mi: Míakpɔ vidzĩe, si woxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòmia lãnuɖunu me. Eye kasia dziƒoʋakɔha gãa ɖe kpe ɖe mawudɔla la ŋuti, wole Mawu kafum le gbɔgblɔm bena: Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.
”Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti; ke wò la, yi ato wò ŋutɔ wò luʋɔ me, bena woaɖe ame geɖewo ƒe dzimesusuwo afia.
”Eye esi wòde mawutsi ta na dukɔ la katã, eye woɖee na Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.
”Eye Yesu gbugbɔ yi Galilea le Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me; eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima nutoawo katã me godoo. Eye wòfiã nu le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wo katã wokafui.
”Eye wotso nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ, eye esi wòdu agbalẽa la, ekpɔ teƒe, afisi woŋlɔ ɖo bena: Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã, eye be maɖe gbe ƒã ɖokuisinɔnɔ na aboyomewo kple nukpekpe na ŋkuagbãtɔwo, be mana amesiwo wole funyafunya wɔmi la, nanɔ wo ɖokui si, eye be maɖe gbe ƒã Aƒetɔ ƒe ƒe nyui la.“ Eye esi wòtu agbalẽa la, etsɔe na dɔla la, eye wòbɔbɔ nɔ anyi, eye amesiwo katã le ƒuƒoƒea la, fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii. Eye wòde asi gbɔgblɔ me na wo bena: Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.
”eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti, elabena egblɔ nya ŋusẽtɔe. Eye ŋutsua ɖe le ƒuƒoƒe la, amesi me Abosam ƒe gbɔgbɔ bliba le, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe bena: Ago gbɔ, nya kae le mía kpli wò dome, wò Yesu, Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ gea? Menya wò amesi nènye: Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o. Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go.
”Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.
”Eye esi wòdzudzɔ nuƒoƒo la, egblɔ na Simon bena: Mite yi tɔ ƒo, eye miɖi miaƒe ɖɔwo, ne miaɖe lã. Eye Simon xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye miekpɔ naneke o, gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo. Eye esi wowɔ esia la, woɖe lã geɖe ŋutɔ, eye woƒe ɖɔwo le dzedzem; eye wòmia asi wo tɔ, siwo le ʋu bubu me la bena, woava ade asi eme na yewo. Eye wova, eye woyɔ ʋuawo kple eve fũ, ale be woɖe asi toyiyi me. Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.
”Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?
”Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta.
”Eye wògblɔ na wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ bena: Mawu ƒe Kristo la. Ke egbe nya na wo, eye wòɖe se na wo bena, woagagblɔ esia na amea ɖeke o hegblɔ bena: Ele na Amegbetɔvi la be, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo aɖo vloe, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.
”Eye wòtrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ bena: Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya amesi enye Vi la o, negbe Fofo la ko, kple amesi enye Fofo la o, negbe Vi la ko kple amesi ke Vi la lɔ̃ be, yeaɖee afiae.
”Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me; ke amesi ke gbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me.
”Eye wòyɔ ame wuieveawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, mieyina Yerusalem, eye woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi le Amegbetɔvi la ŋuti la nu. Elabena woadee asi na trɔ̃subɔlawo, eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖo vloe, eye woaɖe ta ɖe eŋu; eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre.
”Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.
”Eye esi wòyi ɖe mawuƒe la me la, ede asi amesiwo le nu dzram kple amesiwo le nu ƒlem la nyãnyã me do goe gblɔ na wo bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Eye nye aƒe la lanye gbedoxɔ; ɖee mia wo miewɔe adzodalawo ƒe do.“ Eye wòle nu fiãm le mawuƒe la me gbesiagbe. Ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo di be, yewoawui; eye womekpɔ alesi woawɔ o; elabena dukɔ la katã ku de eŋu hele to ɖomii.
”Eye wòkpɔ wo dũ gblo bena: Nuka gɔ̃e nye esia, si woŋlɔ ɖi bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke tro zu dzogoekpe“ mahã? Amesiame, si adze kpe ma dzi la, aŋe gudugudu; ke amesi dzi wòadze la, atui memie.
”Eye amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti.
”Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le alilikpo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.
”Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
”Eye esi wòtsɔ abolo ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi, eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta: miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye. Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si woka ɖe anyi le mia ta.
”Ke miawo la mieɖo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene, bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.
”Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.
”Tso esia dzi la Amegbetɔvi la anɔ anyi ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ƒe nuɖusi me. Eye wo katã gblɔ bena: Ekema Mawuvi nènye mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe le egblɔm bena: Nyee.
”Eye Pilato biae gblɔ bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Wòe le egblɔm.
”Eye esi wova teƒe, si woyona be ametakoliƒe la, woklãe ɖe ati ŋuti le afima kple vɔ̃wɔlawo, ɖeka le nuɖusi me, eye ɖeka le mia me. Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.
”Eye nuŋɔŋlɔ hã le eƒe tagbɔ, esi woŋlɔ ɖe Helatɔwo, Romatɔwo kple Hebritɔwo ƒe gbe me bena: Esia nye Yudatɔwo ƒe fia la!
”Eye wògblɔ bena: Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne eva ɖo wò fiaɖuƒe la me. Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Egbea ke nana Paradiso la me kplim.
”Eye ano gaƒoƒo adelia me la zãdokeli do ɖe anyigba blibo la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi, eye ɣe la ɖo viviti, eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve kpla. Eye esi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe la, egblɔ bena: Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de; ke esi wògblɔ esia la, etsɔ gbɔgbɔ la na.
”Eye wòva ve me, esi wotsi dzodzodzoe le esia ŋuti la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre de wo gbɔ le awu ʋlaya dadzowo me; ke esi wovɔ̃, eye wode mo to la, wogblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ame gbagbe dim le ame kukuwo dome mahã? Mele afisia o, ke boŋ etsi tre; mido ŋku edzi, alesi wògblɔ na mi, esime wogale Galilea la bena:
”Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.
”Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu. Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome; eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe; eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem.
”Eye wòva ve me, esime wòle wo yram la, wotee ɖa le wo gbɔ, eye wokɔe yi dziƒo. Eye esi wodze klo de ta agu nɛ la, wogbugbɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ gã;
”Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. Eya kple Mawue li le gɔmedzedzea me. Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o.
”Ele xexea me, eye wowɔ xexeame to eyama dzi, eye xexeame medze sii o. Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena, amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso. Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.
”Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.
”Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!
”eye esi wòkpɔ Yesu, si le tsa ɖim, dzi dũ la, egblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvie nye ekem.
”Eya kpɔ ye ŋuta nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Mesia la, (si gome enye Kristo).
”Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.
”Woɖi kpezɔ ade ɖe afima le Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔa nu; ɖesiaɖe xɔa tɔmedeze eve alo etɔ̃. Yesu gblɔ na wo bena: Midu tsi ɖe zɔawo me. Eye woɖui ɖe wo me vaseɖe keke wo to ke. Eye wògblɔ na wo bena: Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la. Eye wokui yi nɛ. Ke esi nuɖuɖudzikpɔla la ɖo tsi, si trɔ zu wein, kpɔ la, — eye menya afisi wòtso o, hafi subɔla, siwo ku tsi la vɛ la, woawo nyae — tete nuɖuɖudzikpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la, eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.
”Eye wòtsɔ kawo tro atam, eye wonyã wo katã do go le mawuƒe la me kpe ɖe alẽwo kple nyiwo ŋu, eye wòtrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi; eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o! Tete eye nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya, si woŋlɔ ɖi la dzi bena: „Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.“ Tete Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Dzesi kawo nèfia mí bena, èwɔ nusiawo mahã? Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Mimu mawuxɔ sia, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la magagbugbɔe atu.
”Ne megblɔ anyigbadzinuwo ŋutinya na mi, eye miexɔe se o la, aleke lawɔ miaxɔ ase, ne megblɔ dziƒonuwo ŋutinya na mi mahã? Eye amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo. Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ. Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi. Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o.
”Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta; amesi tso anyigba la, anyigba wòtso, eye anyigbanuwo ŋu wò ƒoa nu lena; amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta.
”Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtso nuwo katã de esi me. Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.
”Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Amesiame, si le tsi sia ƒe ɖe nom la, tsikɔ agawui; ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.
”Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Menyae bena, Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna; ne eyama va la, agblɔ nuwo katã afia mí. Yesu gblɔ nɛ bena: Nye, amesi le nu ƒom kpli wò la, nyee.
”Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu. Tete Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke. Ke Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ, eye wòafia dɔwɔwɔ gãwoe awu esiawo, bena miaƒe mo nawɔ yaa. Elabena sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe; wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na. Elabena Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, bena amewo katã nabu Vi la, abe alesi wòbua Fofo la ene. Amesi mele Vi la bum o la, mebua Fofo la, amesi dɔe ɖa la o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.
”Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe. Elabena sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me: eye wòna ŋusẽe, be woadrɔ̃ ʋɔnu hã, elabena Amegbetɔvi wònye. Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe: eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.
”Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye agbebolo la, amesi vaa gbɔnye la, dɔ mele ewu ge akpɔ o; eye amesi le dzinye xɔm le sesem la, tsikɔ mele ewu ge akpɔ o.
”Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.
”Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.
”Tete Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ɖe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbea ɖeke manɔ mia me o. Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wonoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nye ŋutilã enye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu enye nunono vavã. Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, enɔa menye, eye nye hã menɔa eme.
”Azɔ eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo, esi wose esia la, wogblɔ bena: Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã? Ke esi Yesu nya le ye ŋutɔ ɖokui me bena, eƒe nusrɔlawo le liʋiliʋi lim le esia ŋuti la, egblɔ na wo bena: Alo ɖe esia le nu ɖiam na mi mahã? Azɔ, ne míakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒo, afisi wòtso la, yim ɖe? Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.
”Eye wògblɔ bena: Le esia ta megblɔ na mi bena, amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye ɖe wonae tso Fofonye gbɔ o.
”Tso esia dzi la eƒe nusrɔlawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o. Tete Yesu gblɔ na ame wuieveawo bena: Alo miawo hã ɖe miele ɖiɖim be, miadzo mahã? Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.
”Tete Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Nye nufiafia la menye tonye o, ke boŋ amesi dom ɖa la tɔe. Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti. Amesi le nu ƒom le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, dia ye ŋutɔ ƒe kafukafu: ke amesi le amesi ɖoe ɖa la ƒe kafukafu dim la, eyae nye nyateƒetɔ, eye nu madzɔmadzɔ mele eyama me o.
”Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.
”Gake ne nye la medrɔ̃ ʋɔnu la, ele nyateƒe nu, elabena menye nye ɖekae li o, ke boŋ mía kple amesi dɔm ɖa lae.
”Nyee nye amesi le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋuti, eye Fofo, si dɔm ɖa la, ɖia ɖase le ŋutinye.
”Eye wògblɔ na wo bena: Miawo lã anyigba mietso, ke nye la dziƒo metso; miawo la xexe sia me mietso, nye la nyemetso xexe sia me o: Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.
”Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna. Eye amesi dɔm ɖa la, li kplim, eye megblẽ nye ɖeka ɖi o: elabena nye la mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.
”Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.
”Yesu se bena, wonyae ɖo goe, eye esi wokpɔe la, egblɔ bena: Ele Mawuvi la dzi xɔm le sesem mahã? Eɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye esi, bena maxɔ edzi ase mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi nèkpɔ kple amesi le nu ƒom kpli wò la, eyae. Ke egblɔ bena: Aƒetɔ, mexɔe se; eye wòdze klo ɖe ta agu nɛ
”Azɔ Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Nyee nye agbo na alẽawo.
”Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ.
”Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam; sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta. Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka. Le esia ta Fofo la lɔ̃am ɖo; elabena nye la metsɔ nye agbe ɖo anyi, bena magaxɔe. Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ.
”Yesu ɖo ŋu na wo bena: Megblɔe na mi, eye miexɔe se o: dɔ, siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔa dzi la, woawo le ɖase ɖim le ŋutinye. Ke miawo miele exɔm le sesem o: elabena miawo míenye nye alẽwo dometɔwo o, abe alesi megblɔ na mi ene. Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme; eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o. Fofonye, si tsɔ wo nam la, eya ƒo nuwo katã ta, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ wo sesẽ le Fofonye si me o. Mia kple Fofonye la ɖekae míele.
”Mia kple Fofonye la ɖekae míele. Tete la Yudatɔwo gafɔ kpewo, bena yewoaƒui. Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã? Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui.
”Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe; eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Ele esia xɔm le sesema? Egblɔ ne bena: E, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.
”Yesu fa avi.
”Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go! Eye eme kuku, si ƒe afɔwo kple asiwò le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye laku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.
”Esi ŋu ke la, ameha geɖe, siwo va ŋkekenyuieɖuƒe la, esi wose bena, Yesu gbɔna Yerusalem la, wotsɔ deʋayawo, eye wodo go yi ekpe ge, eye wodo ɣli bena: Wosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la.
”Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti.
”Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti. Tete gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.
”Eye nye la, ne woakɔm ɖe dzi tso anyigba dzi la, mahe amewo katã ava nye ŋutɔ gbɔnye. Ke egblɔ esia hefiã ku, si ƒomevi ku ge wòala.
”Nusiawo Yesaya gblɔ, elabena ekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe la, eye wòƒo nu le eŋu.
”Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nye la nyemeƒo nu le ɖokuinye si o; ke Fofo, si dɔm ɖa la, eya ŋutɔ na nusi magblɔ kple nusi maƒo la ƒe sem.
”Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.
”Azɔ esi wòdo go la, Yesu gblɔ bena: Fifi ko wokɔ Amegbetɔvi la ŋuti, eye wokɔ Mawu ŋuti le eyama me; ne wokɔ Mawu ŋuti le eya me la, ekema Mawu hã akɔ eyama ŋuti le eya ŋutɔ ɖokui me, eye enumake wòakɔ eŋuti.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko. Ɖe mienyam la, ne mienya Fofonye hã, eye tso esia dzi la míenyae, eye miekpɔe.
”Ɖe mèxɔe se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye o mahã? Nya, siwo gblɔm mele na mi la, nyemegblɔ wo le ɖokuinye si o, ke Fofo, si nɔ menye la, le eƒe dowo wɔm. Mixɔm se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye; ke ne menye nenem o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔawo ta.
”Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ. Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me. Ne míabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la màwɔe. Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.
”Le ŋkeke ma me la miadze sii bena, mele Fofonye me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele mia me?
”Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o, eve nya, si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo, si dɔm ɖa la tɔe.
”Miese alesi megblɔ na mi bena: Mele dzodzom, eye magava mia gbɔ. Ɖe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ.
”Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.
”Nyee nye weinti la, miawo míenye alɔwo. Amesi nɔa menye, eye nye hã menɔa eme la, eya tsea ku geɖe: elabena nye manɔmee la miele eŋute ge awɔ naneke o. Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia. Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.
”Sigbe alesi Fofo la lɔ̃am ene la, nenema ke nye hã melɔ̃a mi; minɔ nye lɔlɔ̃ la me! Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene. Esiawo megblɔ na mi, bena nye dzidzɔ la nanɔ mia me, eye miaƒe dzidzɔ la nayɔ tu.
”Esia nye nye se la bena, mialã mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale amea ɖeke si bena, woatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.
”Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee.
”Amesi léa tum la, eléa fu Fofonye hã.
”Eya akɔ ŋutinye: elabena aɖe atso tɔnye me, eye wòagblɔe afia mi. Nusianu, si le Fofo la si la, tɔnyee; eyaŋuti megblɔ bena, aɖe atso tɔnye me, eye wòagblɔe afia mi.
”Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.
”Kpɔ ɖa, gaƒoƒo li gbɔna, eye wòde vɔ, bena woaka mi ahlẽ, amesiame ayi ye ŋutɔ tɔ gbɔ, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi, hafi menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kpakplim. Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.
”Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò. Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo. Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la. Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si netsɔ nam, be mawɔ la nu. Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.
”Nye la mele biabiam ɖe wo nu, menye ɖe xexeame nu mele biabiam ɖo o: ke boŋ ɖe amesiwo nètsɔ nam la nu; elabena tɔwo wonye: eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye tɔwo hã tɔnyee, eye wokɔ ŋutinye le wo me.
”Ke azɔ la megbɔna gbɔwò, eye mele nusiawo gblɔm le xexeame, bena nye dzidzɔ la nanɔ wo me, ayɔ wo fũ. Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.
”bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa. Eye nye la, ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam la, metsɔe na wo, bena woazu ɖeka, sigbe alesi miawo hã míele ɖeka ene. Nye ɖa mele woawo me, eye woawo hã wole menye, bena woazu blibo le nu ɖeka me, bena xexeame nadze sii bena, wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ wo, abe alesi nèlɔ̃m ene. Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.
”Woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae! Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye esi! Ke Yuda hã, amesi fia eyome mɔ la, le tsitre ɖe wo gbɔ. Azɔ, esi wògblɔ na wo bena: Nyee nye esi la, wozɔ gbugbɔɖemegbee, eye wodze anyi.
”Yesu ɖo ŋu bena: Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o, nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womãgadem asi na Yudatɔwo o, ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o. Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.
”Eye asrafoawo tso ŋu he tsihe, eye wotsɔe ɖo nɛ, eye wodo awu dzi nɛ: eye wova egbɔ gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woƒo tome nɛ.
”Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.
”Ke enye ŋutitoto la ƒe dzadzraɖoŋkeke, eye anɔ gaƒoƒo adelia dzi. Eye wògblɔ na Yudatɔwo bena: Mikpɔ miaƒe fia la ɖa! Ke woawo do ɣli gblɔ bena: Kplɔe yii, kplɔe yii, klãe ɖe ati ŋuti. Pilato gblɔ na wo bena: Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia? Nunɔlagãwo ɖo ŋu nɛ bena: Fiãa ɖeke mele mia si o, negbe kaisaro ko.
”Ke Pilato ŋlɔ eƒe nutsonya heɖo atitsoga la ƒe tagbɔ. Eye wòŋlɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe fia la. Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, elabena teƒe, si woklã Yesu ɖo la, te ɖe du la ŋu, eye woŋlɔe ɖe Hebri- kple Hela-kple Roma-gbe me. Tete Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato bena: Megaŋlɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia la o; ke boŋ bena eyama gblɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia menye. Pilato ɖo ŋu bena: Nusi meŋlɔ la, mèŋlɔe xoxo.
”Esia megbe la, esi Yesu nyae bena, wowu nuwo katã nu azɔ, bena ŋɔŋlɔ la nava ve me la, egblɔ bena: Tsikɔ le wuyem!
”Eye esi Yesu xɔ aha tsitsia la, egblɔ bena: Wowu nu vɔ! Eye wòde ta anyi, eye wòtsɔ gbɔgbɔ la na.
”eye wòkpɔ mawudɔla eve le awu ɣi me le anyinɔƒe, ɖeka le tade, eye ɖeka le afɔde le afisi Yesu ƒe kuku la mlɔ. Eye ame mawo gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Egblɔ na wo bena: Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi woɖae ɖo o. Esi wògblɔ nusiawo la, etrɔ megbe, eye wòkpɔ Yesu le tsitre, eye menyae bena, Yesu ye o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Ameka dim nèle? Ke eya bu xa bena, abɔdzikpɔlae, egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, nenye wòe tsɔe yii la, gblɔ afisi nètsɔe yi ɖamlɔ la nam, eye nye la mayi aɖatsɔe vɛ. Yesu gblɔ nɛ bena: Maria! Ke esi wòtrɔ eɖokui la, egblɔ nɛ le Hebri-gbe me bena: Rabuni! si gɔmee nye nufiala.
”Azɔ esi kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ma ƒe fiẽsi ɖo, eye afisi nusiawo le la ƒe ʋɔtru le tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la, Yesu va tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi!
”Eye le ŋkeke enyi megbe la nusrɔ̃lawo gale xa ma me, eye Toma le wo dome. Yesu va, eye ʋɔtruawo le tutu, eye wòle tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ bena: Ŋutifafa na mi! Esia megbe la egblɔ na Toma bena: Do wò asibide ɖe afii, eye nakpɔ nye asiwo ɖa, eye do wò asi ɖa, eye naƒo ɖe nye axada me, eye megazu maxɔsetɔ o, ke boŋ xɔsetɔ. Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!
”Eye dzesi bubu geɖewo hã Yesu wɔ le eƒe nusrɔ̃lawo ŋku me, esiwo womeŋlɔ de agbalẽ sia me o; ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.
”Egblɔ na wo bena: Miɖi ɖɔ la ɖe ʋu la ƒe nuɖusi me, eye miaɖee. Tete woɖii, eye womete ŋu le ehem o le lã geɖe, si wode la ŋuti. Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.
”Ke nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ lãgbalẽ, siwo ŋlɔ ge wòala o.
”amesiwo hã wòtsɔ eɖokui fia agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.
”Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me. Eye esime wole dziƒo kpɔm gã le eƒe yiyi me la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre ɖe wo gbɔ le awu ɣi me, amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.
”Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene; amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.
”eye esi wòkpɔe ɖi la, eƒo nu le Kristo ƒe tsitretsitsi la ŋuti bena, womegblẽe ɖe tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã hã mekpɔ nyunyɔ o.
”Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi Sem miele la kɔ ɖe anyi.
”Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.
”eye miewu agbefia la, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, esi ƒe ɖaseɖilawo miawo míenye.
”ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ. Esia nye kpe, si mi xɔtulawo miegbe la, eya tra zu dzogoekpe. Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.
”Mía fofowo ƒe Mawu la fa Yesu ɖe tsitre, amesi miawo miewu, esime miehee ɖe ati ŋuti. Amesia Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me abe kplɔla kple xɔla ene, bena wòana dzimetɔtrɔ kple nuvɔ̃wo ƒe keke Israel.
”Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.
”Eye nya, si xlẽm wòle la, enye esi: „Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge, eye alesi alẽ zia kpi le amesi le fu sẽm nɛ la ƒe ŋku me la, nenema ke eya hã meke eƒe nu o.
”Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.
”Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.
”Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe, eye wòna woɖee fia, menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe. Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi. Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me.
”eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.
”bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.
”le Via, si wodzi le Dawid-ƒomeawo me le ŋutilã nu la ŋuti, si woɖo Mawuvi kple ŋusẽ le kɔkɔenyenye ƒe Gbɔgbɔ la nu to tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, amesi nye Yesu Kristo, mia Aƒetɔ,
”Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,
”Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me. Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la. Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.
”Ke ne mia kple Kristo mieku la, miexɔe se bena, mia kplii mianɔ agbe hã; elabena mienyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpa o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o. Elabena esi wòku la, eku na nuvɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me.
”Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.
”Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si. Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me,
”Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã?
”Elabena menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubua ɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.
”amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
”Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo;
”Elabena esia ŋuti Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, bene wòaɖu Aƒetɔ ɖe ame kukuwo kple ame gbagbewo siaa dzi.
”Elabena Kristo medɔm be, made mawutsi ta na ame o, hafi bena magblɔ nyanyuie la afia boŋ, menye le nya ƒe nunya me o, bena Kristo ƒe atitsoga la nagazu dzodzro o. Elabena atitsoga la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo tsrɔ̃ la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.
”ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo; ke hena wo amesiwo woyɔ la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, mieɖea gbe ƒã Kristo, si nye Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la.
”Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,
”Elabena nyemebu bena, menya nane le mia dome o, negbe Yesu Kristo ko, amesi kekeake woklã ɖe atitsoga ŋu la.
”si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.
”le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, ne mia kple nye gbɔgbɔ va kpe la kpakple mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe ŋusẽ la,
”Eyata mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe, bene mianye amɔwɔ yeye, abe alesi míenye amɔwɔ maʋamaʋã ene; elabena wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã.
”gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi.
”Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.
”Ke miawo la Kristo ƒe ŋutilã míenye, eye mia dome ɖesiaɖe nye ŋutinu. Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.
”Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena ede eɖokui fia Kefa, emegbe la ame wuieve la. Eya megbe la eɖe eɖokui fia nɔvi, siwo wu ame alafa atɔ̃ la zi ɖeka, amesiwo dome geɖeawo le agbe vaseɖe fifi, ke amea ɖewo hã ɖɔ alɔ̃.
”Ke azɔ la Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ. Elabena esi wònye ame mee ku la to va ŋuti la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame ke me va. Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me. Gake amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu: Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la amesiwo le Kristo me le eƒe vavagbe la; emegbe la nuwuwu la ava, esime woatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa, esime wòava aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã ɖa la. Elabena ele ne be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku. Elabena etso nuwo katã de eƒe afɔ te. Ke ne egblɔ bena, wotsɔ nuwo katã de ete la, edze ƒã bena, amesi tso wo katã de ete la, mele eme o. Ke ne wotsɔ nuwo katã de ete la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade amesi tso nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.
”ke wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me.
”Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le, amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o. Elabena mieɖea gbe ƒã mía ɖokui o, ke boŋ Kristo Yesu, bena eyae nye Aƒetɔ la, ke míawo míenye subɔlawo le Yesu ŋuti, elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.
”Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.
”Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!
”Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.
”Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.
”Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.
”Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“
”Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te, bene wòaxe fe ɖe amesiwo le sea te la ta, bene vinyenye la nasu mía si.
”bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me, eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me, kple nusi nye eƒe ŋusẽ ƒe gãnyenye, si ƒo wo katã ta la, na mí amesiwo xɔna sena le eƒe ŋusẽ gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔwɔ la nu, esi wòwɔ le Kristo me, esime wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe nuɖusi me le dziƒonutowo me ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi, menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã, eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame, si nye eƒe ŋutilã; eya amesi yɔ nuwo katã fũ le wo katã me la ƒe agbɔsɔsɔ la.
”amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le, amesi me wokpe xɔtutu blibo la katã ɖo, eye wòtsi zu mawuxɔ kɔkɔe le Aƒetɔ la me, amesi me wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le Gbɔgbɔ la me.
”Amesi va anyi la, eya ke ganye amesi yi dziƒowo katã ƒe dziƒo hã, bene wòayɔ nuwo katã taŋ.
”ke boŋ la mianye anukwaretɔwo le lɔlɔ̃ me, eye le nusianu me míatsi ali ke ɖe Kristo, si nye ta la me, amesi gbɔ wòtso wokpe ŋutilã blibo la katã, eye wobiae ɖekae, eye woto ƒunuɖeƒewo katã ƒe kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu me, le ŋutinu sia ŋutinu ƒe dɔwɔwɔ, si womã nɛ la nu, hewu ŋutilã ƒe tsitsi la nu hena tutu le lɔlɔ̃ me.
”Azɔ la mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.
”elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.
”Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me, amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wòna hã la, mebui nuhahae bena, eye kple Mawu so o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame to ene. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase atitsoga ŋuti ku la me ke. Esia ke ŋuti hã Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.
”bene madze si eyama kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ kple eƒe fukpekpewo ƒe hadede, eye masɔ kplii le eƒe ku me, negbe godo la made ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la gbɔ.
”amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me, amesi me míekpɔ fexexeɖeta, si nye nuvɔ̃keke la le, amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la. Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o; eɖanye fiazikpuiwo o; alo aƒetɔnyenyewo o; eɖanye dziɖulanyenyewo o alo ŋusẽwo o: Wowɔ nuwo katã to eyama me, eye wowɔ wo hena eyama, eye eyama tre dzɔdzɔ na nuwo katã, eye nuwo katã nɔa anyi le eyama me, eye eyamae nye ŋutilã, si nye hame la ƒe ta, amesi nye gɔmedzedze kple ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome, bene wòanye gbãtɔ na nuwo katã; elabena edze Mawu ŋu bena, agbɔsɔsɔ blibo la katã nanɔ eyama me, eye wòto eyama dzi lé avu le nuwo katã kple eɖokui dome, esi wòto eƒe atitsoga ƒe ʋu la me wɔ ŋutifafa kple nusiwo le anyigba dzi kpakple nusiwo le dziƒowo la, to eyama dzi.
”bene woafa akɔ na woƒe dziwo, eye woabia wo ɖeka le lɔlɔ̃ me hena gɔmesese ƒe kakaɖedzi blibo ƒe kesinɔnyenye katã, bena woadze si Mawu, Fofo, kple Kristo ƒe nya ɣaɣla la, amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.
”Elabena Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme, eye woyɔ mi taŋ le eyama, si nye ta na dziɖulanyenye kple ŋusẽwo katã la me,
”eye wòɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽwo ɖi, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi to me.
”Azɔ ne wofɔ mia kple Kristo ɖe tsitre la, ekema midi nusiwo le dziƒo, afisi Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe nuɖusi me.
”Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li, amesi tsa eɖokui na abe fexexe ɖe amewo katã ta la ene, si nye ɖaseɖiɖi la le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la me;
”Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.
”be, nalé sedede sia ɖe asi kpɔtsotso kple mokaka manɔŋui yiɖase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la dzi, esi dziɖula yayratɔ ɖeka, fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.
”Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me:
”eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam,
”Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me, amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame, amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;
”Elabena mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpo bena: „Vinye nènye, egbea medzi wò“ mahã? Eye wògagblɔ bena: „Nye la manye Fofo nɛ, eye eya hã lanye Vi nam“ mahã? Ke ne egakplɔ ŋgɔgbevi la va xexeame la, egblɔ bena: „Eye Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu ne.“
”ke egblɔ le Via ŋuti bena: „Mawu, wò fiazikpui nɔa anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, fiatikplɔ dzɔdzɔe enye wò fiaɖuɖu ƒe fiatikplɔ. Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèlea fu madzɔmadzɔnyenye; eyata Mawu, wò Mawu la, tsɔ dzidzɔmi si na wò wu wò hatiwo. Aƒetɔ, wòe ɖo anyigba gɔme anyi le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔwo. Woamawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi ɖaa: eye wo katã anyunyɔ abe avɔ ene, eye aɖo li wo woaɖɔ abe awu ene; gake wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewo nu metsona o.
”Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.
”Eyaŋuti, nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo: Mibu miaƒe xɔsemeʋuʋu ƒe ame dɔdɔ kple nunɔlagã Yesu la ŋuti,
”Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe. Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.
”Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti; eye wònye Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wokpe la me; eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe, amesi Mawu yɔ be nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu.
”ke eya la, esi wònɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me ŋuti la, nunɔlanyenye, si meɖɔlina o la, le esi. Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti. Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo, amesi mehiã gbesiagbe vɔsasa abe nunɔlagã mawo, amesiwo wɔ vɔsasa gbã ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo ta, eye emegbe la ɖe dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta ene o; elabena ewɔ esia zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, esime wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena. Elabena se la tsɔa amesiwo gbɔdzɔ la ɖoa nunɔlagãwo; ke atamkaka, si dze se la yome la, ƒe nya ɖo Vi, si wowɔ blibo la, nunɔlagã yi ɖe mavɔmavɔ me.
”Ke nya, siwo miegblɔ la, ƒe emenya gãtɔ enye esi. Nunɔlagã sia tɔgbe le mia si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo,
”Elabena ɖe vodada mele nubabla gbãtɔ ma ŋu o la, anye ne womedi nɔƒe na evelia o. Elabena eka ŋku me na wo gblɔ be: „Kpɔ ɖa, Yehowa gblɔ bena: Ŋkekewo li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe la,
”Le esime wògblɔ be: „Nu yeye“ la, ena gbãtɔ do xoxo; ke nusi ɖo xoxo, eye wòtsi ŋutɔ la, te ɖe gbegblẽ ŋu.
”Ke Kristo va nye nu nyui, siwo le vava ge la ƒe nunɔlagã, eye wòto agbadɔ, si nye gãtɔ kple blibotɔ wu, si wometsɔ asi wɔe o, eye metso xexe sia me o la me, eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.
”Eye le esia ta wònye nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xoxo tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxa domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo. Elabena afisi megbenyagbɔgblɔɖi le la, ele vevie be, amesi gblɔe ɖi la, naku hafi. Elabena amewo ƒe ku ɖoa kpe megbenyagbɔgblɔɖi dzi; elabena ŋkeke alesi amesi gblɔe ɖi la, gale agbe la, ŋusẽa ɖeke menoa eme o. Eyata esi wokɔ nubabla gbãtɔ ŋu la, womegbe ʋutsɔtsɔ kpe ɖe eŋu o.
”Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.
”Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;
”nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.
”ke eya la, esime wotsɔ vɔsa ɖeka na ɖe nuvɔ̃wo ta megbe la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me tegbetegbe,
”Azɔ, nɔviwo, esi dzideƒo le mía si, be míayi ɖe kɔkɔeƒe la me to Yesu ƒe ʋu la me, eyae nye mɔ, si ŋuti wokɔ na mí, be wòanye mɔ yeye gbagbe, si to xɔmetsovɔ me, eyae nye eƒe ŋutilã; eye esi nunɔlagã, si le Mawu ƒe aƒe nu la, le mia si ŋuti la,
”eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me. Mibu amesi ɖo dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.
”kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.
”Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.
”Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la, nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Nɔvinyewo, migatsɔ ame ŋkumekpɔkpɔ lé Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, tsi nye ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la, ƒe dzixɔse me ɖe asi o.
”Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mi, amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,
”ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene, amesi wonya ɖi tsã, hafi woɖo xexeame gɔme anyi; gake woɖee ɖe go fia le ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le mia ta, mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.
”Amesi gbɔ mieva wònye kpe gbagbe, si amewo gbe; gake le Mawu gbɔ la enye nu tiatia kple nusi xɔ asi sesẽ, eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi. Eyata wòle ŋɔŋlɔ la me bena: „Kpɔ ɖa, meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.“
”Azɔ mi amesiwo xɔe se la, enye kpe xɔasi na mi; ke dzimaxɔsetɔwo la, kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke zu dzogoedzikpe kple nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa na wo, amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.
”Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome, amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o; esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wokpe fu la, meɖo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe ɖe asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ. Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la. Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.
”Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;
”nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me, amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.
”Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo kpɔ xɔse xɔasi ma ke kpli mí le mía Mawu kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe dzodzoenyenye la me: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi le sidzedze Mawu kple Yesu, mía Aƒetɔ, la me.
”Elabena le ale mɔ sia dzi woana gege ɖe mía Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me nu wòasɔ gbɔ fũ.
”Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo. Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu Fofo la gbɔ, esime nenem gbe sia ɖi tso ŋutikɔkɔe gã nyui la me va egbɔ bena: „Amesia nye Vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye!“
”Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.
”Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.
”Eye mienyae bena, eyama ɖe eɖokui fia, bene yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ayii, eye nuvɔ̃a ɖeke mele eya me o.
”Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.
”Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!
”Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ, eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti, eye wòwɔ mí hawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya to lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mava me yi ɖe mavɔ me! Amen. Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.
”Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu; ale Aƒetɔ Mawu, amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la, gblɔ esi!
”Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.
”Eye metrɔ be, makpɔ gbe, si ƒo nu kplim la. Eye esi metrɔ la, mekpɔ sikakaɖiti adre, eye le sikakaɖiti adreawo titina la amea ɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wotsɔ sikalidziblanu bla akɔta. Eye teƒe ta kple eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu ɣi ene, eye abe sno ene, eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo ɖi gadzẽ, si wode kpodzo me wòbiã hẽ, eye eƒe gbe le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene. Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.
”Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.
”Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa. Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne.
”Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,
”Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo, wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu! Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.
”Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi, eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ! Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena:
”elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.
”Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
”Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.
”Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.
”Eye kpo da, mekpɔ alilikpo yia ɖe, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi abe amegbetɔvi ene, eye sikafiakuku le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛa ɖe le esi.
”Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.
”Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒea, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me; eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta, eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si amea leke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu; eye wòdo awua de, si ŋu wohlẽ ʋu do, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya. Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim. Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me. Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!
”Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo. Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.
”Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe,
”Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu. Nyee nye Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu:
”Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla lã, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.
”Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie! Amen, Aƒetɔ Yesu va! Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple ame kɔkɔeawo katã! Amen.
”