14 – Fuɖeɖe
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Fuɖeɖe.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Fuɖeɖe.
Eye wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na gbetsiwo. Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.
”Elé wò ŋutsuvi kple wò nyɔnuvi, siwo nèdzi nam la, hewu na wo, be woaɖu. De wò gbolowɔwɔ mesɔ gbɔ o, hafi nègawu vinyeŋutsuwo hetɔ dzoea? Le wò ŋunyɔnuwo katã kple wò gbolowɔwɔwo me la mèɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi, esime nèɖe ama le ƒeƒle hele afɔti dam le wò ʋu me la o.
”Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme. Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.
”Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.
”Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.
”Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.
”Megawu ame o.
”Ne amea ɖe ƒo ame woku la, ekema woawu eya hã.
”Ne ŋutsuwo le dzre wɔm, eye wotutu nyɔnu funɔa ɖe ƒu anyi, ke vɔ̃a ɖeke mewɔe o, negbe fua koe ge le eƒo la, ekema nyɔnua srɔ̃ naxa fe le esi, abe alesi ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo ene. Ke ne vɔ̃a ɖe dze eme la, ekema woabia agbe ɖe agbe teƒe,
”Megatrɔ ame dahe ƒe nya bu anyi le ʋɔnudrɔ̃ƒe o. Ɖe nu le aʋatsonyawo me; megawu amesi ƒe nya dzɔ, eye meɖi fɔa ɖeke o la o, elabena nyematso afia na ame vɔ̃ɖi o.
”Elabena agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui, elabena agbe le eme.
”Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.
”Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: Gblɔ na Israel-viwo be: Ne Israel-viwo dometɔa ɖe alo amedzro, si le Israel la, tsɔ via na Molex la, woawui, anyigbadzitɔwo naƒu kpee woaku. Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la. Ke ne anyigbadzitɔwo miã ŋku ɖe amesi tsɔ via na Molex la dzi, eye womewui o la, ekema nye ŋku anɔ ame la kple eƒomeawo ŋu, eye matsrɔ̃ ame la kple amesiwo katã dze eyome hesubɔ Molex la, le woƒe dukɔ la dome.
”Ne amea ɖe ƒo ame wòku la, woawui;
”Ne amea ɖe wu ame, eye ɖasefowo ɖi ɖase le eŋu la, eya ko hafi woawui, gake ɖasefo ɖeka ɖeɖe maɖi ɖase, eye woawui o. Miaxɔ fe ɖe hlɔ̃dola, si wotso kufia na la ta o, ele be, woawui kokoko.
”Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba, sii dzi miele la o, elabena ʋu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eye naneke meli, ne woatsɔ lé avu anyigba la le ʋu, si le edzi la ta o, negbe amesi kɔ ʋua ɖi la, ƒe ʋu ko.
”Megawu ame o.
”Megawɔ alea na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu, siwo katã Yehowa lé fui la, eya wowɔna na woƒe mawuwo; wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.
”Amea ɖeke megana dowòme, si ana woatɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o, eye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ,
”Amesi na woɖae be, wòawu ame ahakɔ ʋu maɖifɔ ɖi la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema! Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!
”Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe,
”ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ʋe me; gɔglɔ̃gɔ la ena viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.
”Wona wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo to dzo me, woka afã hesa dzo, eye wotsɔ wo ɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wowɔ le Yehowa ŋku me, ne woatsɔ aɖo dɔmedzoe nɛ.
”Awitɔwo wɔ Nibxaz kple Tartak, eye Sefarwayimtɔwo tɔ dzo wo viwo na Adramelex kple Anamelex, siwo nye Sefarwayimtɔwo ƒe mawuwo.
”Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ.
”Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.
”Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne.
”Wò asie mem, eye néwɔ nye afisiafi pɛpɛpɛ tso, hafi natsrɔ̃m mahã? Ɖo ŋui be, tsue nètsɔ wɔm, eye ɖe nèbe, magatrɔ zu anyia? Ɖe mèkɔm ɖe anyi abe notsi ene, eye nèna mebla abe notsi kpekẽ ene oa? Efa ŋutigbalẽ kple lã ɖe ŋunye, eye nède ƒu kple lãmeka menye.
”Elabena mexɔna na ame ɖahe, si le ɣli dom la, kple tsyɔ̃evi, si xɔnametɔa ɖeke meli na o la.
”Ɖe menye amesi mem ɖe vidzidɔ me la, me eya hã, eye ame ɖekae wɔ mí ɖe dɔme oa?
”Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi, ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o.
”Elabena wòe hem tso dɔ me, eye nèna menɔ ɖanye ƒe no nu bɔkɔɔ. Wotsɔm gblẽ ɖe dziwò tso dɔ me ke, eye nye Mawu nenye tso danye ƒe dɔ me.
”Ɖem tso nu vlo wɔlawo si me, eye naxɔm tso hlɔmewo si me! Elabena wode xa de nye luʋɔ ŋu; ame sesẽwo kpe ta ɖe ŋunye, menye le nye dzidada kple nye nuvɔ̃wo ta o. Yehowa! Menye vodada ŋuti wole du dzi, eye wodzra ɖo ɖi ɖo o. Nyɔ, nava kpem, eye kpɔ nya la me!
”Tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.
”Ŋuwò meziɔ ɖo tso danye ƒe dɔ me ke, eye danye ƒe dɔ me nèɖem tsoe, nye kafukafu enye tɔwò ɖaa.
”Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo! Mixɔ na ame tsɛwo kple ame dahawo, eye midu wo le ame vɔ̃ɖi la si! Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm.
”wowu ahosiwo kple amedzrowo, eye woɖo hlɔ̃ ɖe tsyɔeviwo ŋu hele gbɔgblɔm be: Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la medze sii o! Mi gegeme, siwo le dukɔ la dome, midze sii, eye mi bometsilawo, ɣekaɣi miadze nunya?
”Ɖe gbegblẽ ƒe zikpui, si tsoa hiãkame ɖoa anyi ɖe sea teƒe la, ade ha kpliwòa? Wode ha bibibi ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe luʋɔ ŋu, eye wobu fɔ ʋu maɖifɔ. Ke Yehowa enye nye mɔ sesẽ, eye nye Mawu enye nye sitsoƒe ƒe aga. Ana woƒe dzɔgbevɔ̃e natrɔ va wo dzi, eye wòatsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ atsrɔ̃ woe; Yehowa, mía Mawu la, atsrɔ̃ wo.
”Eye wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na gbetsiwo. Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la. Wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo ƒo di wo ɖokui, eye wozu ame dzegowo to woƒe nuwɔwɔwo me. Tete Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, eye wònyɔ ŋu eƒe ɖomeuyinu la.
”Wò asiwo wɔm, eye woɖɔm ɖo; fia nunyam, ne masrɔ̃ wò seawo! Amesiwo vɔ̃a wò la, woakpɔm ahakpɔ dzidzɔ, elabena mele wò nya la sinu kpɔm.
”Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.
”Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme. Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ. Nye ƒuwo meɣla ɖe wò, esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, eye wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe o. Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔa ɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me.
”Elabena ewɔ wò agbo ƒe gametiwo sesĩe, eye wòyra viwòwo le mewò;
”Ne wogblɔ be: Yi kpli mi, míade xa ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu, eye míanɔ adeklo dzi ɖe ame maɖifɔ ŋu naneke mawɔmawɔe, míami wo agbagbe abe tsiẽƒe ene,
”Eyata eƒe gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi, agbã zi ɖeka, eye hayahaya manɔ eŋu o. Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ: dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa nu maɖifɔ ɖi,
”Xɔ na amesiwo wokplɔ yina wuwu ge, eye ɖe amesiwo woyina nu ɖa gee la. Ne ègblɔ be: „Míenyae o“ la, kpɔ ɖa, amesi da dziwo kpɔna la, adze sii, eye amesi ɖea ŋku ɖe wò luʋɔ la, anyae, eye wòaɖo eteƒe na amegbetɔ le eƒe nuwɔwɔ nu.
”Amesi dzi hlɔ̃fe le, ne esi vaseɖe aʋli me ke hã, amea ɖeke megalée o!
”Alesi menya ya toƒe kple alesi ƒuwo va wona ɖe dɔ me na funɔ o la, nenema mèdze si Mawu, amesi wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.
”Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi! Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ! Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome, mixɔ na amesi wote ɖe anyi, midrɔ̃ ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo, eye mihe nya na ahosiwo! Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.
”Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotso kekeli wo vivitii, amesiwo tsoa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wo vevee!
”Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.
”Ale Yehowa, wɔwòla kple mèwòla tso dɔ me ke, amesi li kpli wò la, gblɔ esi: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, megavɔ̃ o!
”Ale Yehowa, ɖewòla, amesi mè wò tso dɔ me ke la, gblɔ esi: Nyee nye Yehowa, amesi wɔ nusiawo katã, nye ɖeka koliae he dziƒo me, eye mekeke anyigba me, amea ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
”Yakob ƒe aƒe la kple Israel ƒe aƒe me ame mamleawo, miɖo tom, mi amesiwo metsɔ do agba ɖe ɖokuinye dzi tso dɔ me ke, eye metsɔ mi tso vidzidɔ me ke.
”Mi ƒukpowo, miɖo tom, mi adzɔge dukɔwo, miƒu to anyi! Yehowa yɔm tso dɔ me ke, eye wòyɔ ŋkɔnye tso danye ƒe do me ke.
”Azɔ ale Yehowa, amesi mèm tso dɔ me ke hewɔ eƒe dɔlae, ne wòakplɔ Yakob agbɔe, eye wòaƒo Israel nu ƒu la gblɔ nam esi; elabena bubu le ŋunye le Yehowa ŋku me, eye nye Mawu enye nye ŋusẽ.
”Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzie be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o! Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ɖe nye asi ŋu, wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.
”Yehowa be: Nye amesi ʋua vidzidɔ nu, ɖe mana be, womadzi vi oa? Wò Mawu be: Nye amesi na wodzia vi, ɖe maxe mɔa?“
”Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be: Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.
”Ame maɖifɔ dahewo ƒe ʋu hã le wò avɔ toga. Menye fifiƒe mekpɔ wò le o, ke boŋ le teƒe siawo katã. Ke wò la egblɔ be, yemeɖi tɔ o, eƒe dɔmedzoe fa ɖe ye ŋu vava! Kpɔ ɖa, mía kpli wò miaɖi ʋɔnu, le esi negblɔ be, yemewɔ nuvɔ̃ o la ta.
”wowɔ Tofet-nuxeƒe ɖe Ben-Hinom-bali me la, ne woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyonuviwo, nusi ŋu nyemede se na wo le loo, alo wòayi nye la me va ge o.
”elabena wogblẽm ɖi, eye wodo gu teƒe sia, wodo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo woawo kple wo fofowo kpakple Yuda-fiawo menya o la, le afima, eye wotso ame maɖifɔwo ƒe ʋu ya teƒe sia taŋ; wodi nuxeƒewo na Baal, ne woata dzo wo viwo abe numevɔsa ene na Baal, nusi nyemeɖo na wo o, nyemegblɔe na wo, alo wòahayi nye ta me va ge gɔ̃ hã o. Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagayɔ teƒe sia be Tofet kple Ben-Hinom-bali me o, ke boŋ be amewubalime. Magblẽ Yuda kple Yerusalem ƒe adaŋudede me le teƒe sia, eye mana woatsi woƒe futɔwo ƒe yi nu kple amesiwo le woƒe ku dim la si me, eye matso woƒe kukuawo ana dziƒoxewo kple gbemelãwo woaɖu.
”Elabena mewum ɖe dɔ me, ne danye nanye yɔdo nam, eye tu natsi eƒo tegbee o!
”Elabena wò ŋku kple wò dzi le viɖe kple ame maɖifɔ ƒe ʋu kɔkɔɖeanyi kple ŋutasesẽ kpakple fuwɔame ko ŋu.
”Ale Yehowa gblɔ esi: Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wogbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.
”Wowɔ nuxeƒewo na Baal ɖe Ben-Hinom-bali la me, ne wòakɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ŋu na Molox, nusi nyemeɖo na wo alo wòayi nye ta me va ge, be woawo ŋunyɔnu sia ahatsɔ ble Yuda ade nuvɔ̃ me o.
”Elé wò ŋutsuvi kple wò nyɔnuvi, siwo nèdzi nam la, hewu na wo, be woaɖu. De wò gbolowɔwɔ mesɔ gbɔ o, hafi nègawu vinyeŋutsuwo hetɔ dzoea? Le wò ŋunyɔnuwo katã kple wò gbolowɔwɔwo me la mèɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi, esime nèɖe ama le ƒeƒle hele afɔti dam le wò ʋu me la o. Aƒetɔ Yehowa be: Baba na wò, baba na wò! Le wò nu vɔ̃ɖiwo katã wɔwɔ megbe la
”Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nètso wò gbolowɔwɔ kple wò ahiãviwo kpakple wò legba nyɔŋuawo katã, siwo nètso viwòwo ƒe ʋu na la, hewɔ be, wò ŋukpe gbagba ƒo ɖi, eye wò ama dze la, eyata maƒo wò ahiãviwo katã nu ƒu, esiwo ƒe nu dze ŋuwò kple esiwo katã nèlɔ̃na kpakple esiwo katã nèlé fui, maƒo wo nu ƒu ɖe ŋuwò tso goawo katã me, eye maɖe ama wò, ne woakpɔ wò ama blibo la. Madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe gbolowo kple nyɔnu hlɔ̃dolawo ƒe se nu, eye mahe dziku kple ŋuʋaʋã ƒe ʋu ava dziwò.
”Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.
”Israel ƒe aƒe, mietsɔ miaƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui, eye mietsɔ miaƒe vɔsanuwo sa vɔe, esime mietsɔ mia viwo to dzo mee vaseɖe egbe tso, hafi nyea mana miabia gbem asea? Metà ɖokuinye ƒe agbe: Nyemana miabia gbem ase akpɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
”Elabena wowɔ ahasi, eye ʋu le asi ŋu na wo, wotsɔ woƒe legbawo wɔ ahasii, eye wotsɔ wo vi, siwo wodzi nam la, to dzo me, ne woanye nuɖuɖu na wo. Nusi wogawɔ ɖe ŋunye la, enye si: Wodo gu nye kɔkɔeƒe la gbemagbe, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Ne wowu wo viwo na legbawo la, wovaa nye kɔkɔeƒe la gbemagbe ke, ne woagblẽ ko ɖo nɛ; alea wowɔ le nye xɔ me.
”Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.
”Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.
”Miese wogblɔ na blematɔwo bena: Megawu ame o; ke amesi ke awu ame la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃.
”Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.
”Eye amesi ke laxɔ nenem ɖevi sia tɔgbe ɖeka le nye ŋkɔa dzi la, nyee wòxɔ;
”Ke ne wò asi alo wò afɔ ɖia nuwò la, lae ɖa, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo alo abɔkpo wu esi aba eve alo afɔ eve anɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me. Eye ne wò ŋku ɖia nuwò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka, wui esi ŋku eve nana asiwò, eye woatso wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi. Elabena Amegbetɔvi la va be, wòaɖe nusiwo bu la.
”Nenema ke menye mia Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena, nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.
”Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.
”Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo,
”Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.
”Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.
”Eye wòva me bena, esi Elisabet se Mana ƒe gbedoname ko la, via ho le eƒe dɔ me; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la! Eye afika gɔ̃ nusia tso bena, nye Aƒetɔ la dada va gbɔnye mahã? Elabena kpɔ ɖa, esi wò gbedoname ɖi ɖe nye to me la, ɖevi la ho le nye dɔ me le dzidzɔ ŋuti.
”abe alesi woŋlɔ ɖi le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Atsu sia atsu, si ʋu dɔnu la, woayɔ eya kɔkɔe na Aƒetɔ la“;
”Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò.
”Nukaŋuti miele si dzem nye nuƒoƒo oa? Elabena miate ŋu ase nye nya la o. Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye. Ke nye la, le esi mele nyateƒe gblɔm ta la, miele dzinye xɔm le sesem o.
”Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.
”Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o; amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa; sakplisalawo, ameŋuzɔlawo, amesiwo léa Mawu ɖe lu me, vlodolawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, amesiwo toa nu vɔ̃ɖi vɛ, amesiwo meɖoa to woƒe dzilawo o, ame masenugɔmewo, nubabladzidalawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle kple ame makpɔnublanuiwo; amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.
”Miganyi naneke ƒe fe le amea ɖeke si o, negbe mía nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena amesi ke le ame bubu lɔm la, ewu se la nu. Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“ Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe amehavi ŋuti o; eyata lɔlɔ̃ lae nye sedziwɔwɔ.
”Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?
”Ke esime wòdze Mawu, si tiam le danye ƒe dome ke, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm la ŋu, bena wòɖe ye ŋuta Via ɖe go fia le menye, bene magblɔ eŋuti nyanyuie la afia le trɔ̃subɔlawo dome la, enumake mía kple ŋutilã kple ʋu míetia nya me o,
”ke miefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene,
”bene woaxlɔ̃ nu ɖetugbiwo, ne woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo,
”Elabena abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.
”Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.
”menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o. Eye nukaŋuti wòwui ɖo? Elabena eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.
”Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.
”eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?
”Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.
”