15 – Mu Aha
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Mu Aha.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Mu Aha.
Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
”Mi ahamulawo, minyɔ, eye mifa avi! Mi weintsunolawo katã, mixa nu ɖe aha yeye ŋu, elabena woɖee le nu me na mi.
”Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o.
”Eye Noa de asi agbledede me, eye wòde weingblea ɖe. Ke esi wòno wein mu la, eɖe ama ɖe eƒe agbadɔ me. Eye Xam, Kanaan fofo, kpɔ fofoa ƒe ama, eye wòɖagblɔe na nɔvia eveawo le xexe.
”Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo. Miade vovo nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu madzɔmadzɔwo kple nu dzadzɛwo dome.
”ekema mano wein alo nu muamea ɖeke o, eye mano wein alo nu muame, si wotsɔ ɖo ƒãe la o, mano weintsetse me tsi o, manyi weintsetse o, eye maɖu weintsetse ƒuƒu hã o.
”Eye woagblɔ na du me ame tsitsiawo bena: Mia viŋutsu sia enye ame dzeaglã kple tosẽla, meɖoa to miaƒe gbe o, eye wònye ame baɖa kple ahamũla.
”Woƒe weinkawo nye Sodom-weinkawo, eye Gomora-gblewo me wotso. Woƒe weintsetsewo nye aɖi, eye wo me tsi vena. Woƒe wein enye da ƒe aɖi kple ƒli ƒe veve.
”Eyata kpɔ nyuie, ne màgano wein alo aha muamea ɖeke o, eye megaɖu nu makɔmakɔa ɖeke o!
”Ena nu sesẽ kpe wò dukɔ la, eye néna wein mí míeno mu.
”Elabena kplu le Yehowa si, wein le fu tem le eme, eye aha tɔtɔ yɔe banaa; eku aha tso me, anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo akplɔ keke ahaƒã ke hã, eye woanoe ƒiaƒiaƒia.
”Elabena woɖua nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe abolo, eye wonoa sesẽnuwɔwɔ ƒe wein.
”Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.
”Amesi lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ la, azu hiãtɔ; eye amesi lɔ̃a wein kple ami ʋeʋẽe la, makpa ho o.
”Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o. Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖuvu me.
”Amekae ɖea hũ? amekae sea veve? amekae xaa nu? amekae xɔa abi yakatsyɔ? ameka ƒe ŋku dzie wona dɔ̃? Amesiwo tsia wein te dedie la tɔe; amesiwo yina, be woade nu aha, si wotɔtɔ me akpɔ la tɔe. Megade ŋku de wein, alesi wòbiã kple alesi wòle dzo sim le kplu me kpakple alesi wominɛ wóli la o. Ke emegbe la eɖua ame abe da ene, eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene. Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔwo, eye wò dzi anɔ nya baɖawo gblɔm. Anɔ abe amesi le atsiaƒu gɔme kple amesi le abalati la me ene. „Woƒom, ke mevem o; wotu kɔm, nyemesee o. Ɣekaɣi gɔ manyɔ, ne magaɖi eyome mɔ?“
”Lemuel, menye fiawo ƒe dɔ o, wein nono menye fiawo ƒe dɔ o, eye aha muame menye amegãwo ƒe dɔ o! Ne magano aha aŋlɔ se la be, eye wòatrɔ gbo nya na hiãtɔwo katã o! Ke boŋ mitsɔ aha muame na amesiwo do tsɔtsrɔ̃ ƒe etua nu kple wein na nuxala, ne wòanoe, eye wòaŋlɔ eƒe ahedada be, eye eƒe ŋku nadzo le hiãkame dzi!
”Woayra anyigba, siƒe fia nyee bubume, eye ete amegãwo ɖua nu ɖe eɖuɣi hena ŋusẽɖoɖo, eye menye hena nutsuɖuɖu o!
”Baba na amesiwo tɔa fɔŋli hetia aha muame yome, eye wotsia anyi vaseɖe zãtiƒe, ne wein nade dzo lã me na wo! Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.
”Baba na amesiwo nye kalẽawo le weinnono me kple ŋutsuwɔlawo le aha muame toto me.
”Yehowa de ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ wo me, ne woaflu Egipte le eƒe nuwɔwowo katã me, abe alesi ahamula nɔa ya mum le eƒe xeɖeɖe me ene.
”Womaga-dzi ha ɖe wein-nono ŋu o, eye aha muame ave heliheli na enolawo. Wogbã du ɖiƒeƒle la, wotu xɔwo katã ƒe ʋɔwo, eye wo me yiyi meli o. Wole konyi fam ɖe wein ŋu le ablɔwo me, dzidzɔwo katã nu yi, vivisesewo bu le anyigba dzi. Du la zu aƒedo, eye wogbã agbo la wòzu glikpo.
”anyigba le ya mum abe ahamula ene, eye wòle nyenyem ʋakaʋaka abe ahamaka ene, elabena eƒe dzidadawo do agba ɖe edzi; adze anyi, eye magafɔ o.
”Baba na Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le weinmulawo ƒe bali wɔnu ta me!
”Woafanya Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple alo;
”Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ. Elabena xeɖeɖe ya kplɔ̃wo katã dzi fũ, ale be teƒea ɖeke megali o.
”Miɖo asi nu, eye miaƒe nu Hetsi te, mitre ŋku, eye mizu ŋkuagbãtɔwo! Womu aha, ke menye wein ye wɔe o, wole ya mum, ke menye aha muame ye wɔe o.
”Miva, ne maɖaku wein ve, eye míano aha muame; etso hã nanɔ abe egbe ene, eye eteƒe makɔ o.
”Eye nagblɔ nya sia na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Woaku wein ɖe goewo katã me banaa. Ke ne woɖo ŋu na wò be: Ɖe míenyae be, wokua wein ɖe goe sia goe me banaa o hã la, ekema nagblɔ na wo bena, ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ ahamumu ayɔ anyigba sia dzinɔlawo katã kple fia, siwo le Dawid ƒe zi dzi, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple Yerusalemtɔwo katã fũ. Yehowa be: Maxlã wo ɖe wo nɔewo, fofowo kple viwo siaa; nyemave wo nu o, nyemakpɔ wo ta o, eye nyemakpɔ nublanui agbe wo tsɔtsrɔ̃ o.
”Ɖe nyagblɔɖilawo ŋu: Nye dzi fli ɖe do me nam, eye nye ƒuwo katã zu behebehe; mezu abe ahamula kple ŋutsu, si wein wu ko na la ene le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔeawo ta.
”Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ nam enye si: Xɔ dɔmedzoe ƒe weinkplu sia le asinye, eye natsɔe na dukɔ, siwo katã gbɔ maɖo wò ɖo la, woano. Eye ne wonoe la, woanɔ mumũm sagãsagã, eye wòadze aɖaʋa le yi, si maɖo ɖe wo dome la ta.
”Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mino aha miamu, eye miɖe xe, midze anyi, eye migafɔ o, le yi, si maɖo ɖe mia dome la ta.
”Eye metsɔ weingo, si yɔ taŋ, kple kpluwo ɖo Rexab viwo ƒe aƒe la kɔme gblɔ na wo bena: Mino wein! Ke woɖo ŋu bena: Miele wein no ge o, elabena mía fofo Yonadab, Rexab vi, de se na mi bena: Mia kple mia viwo migano wein gbeɖe o;
”Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam, eye wòkpe atsa nam meno.
”Nɔviwònyɔnu ƒe afɔ nètsɔ, eyata matsɔ eƒe kplu ade asi na wò. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ano nɔviwònyɔnu ƒe kplu, si ko helolo, eye woɖi nu, ne nazu nu ɖikokoea kple alɔmeɖenu; ahamuame kple nuxaxa ayɔ mewo fũ, elabena nɔviwònyɔnu Samaria ƒe kplu enye ŋɔdzi kple mo yaa wɔwɔ ƒe kplu! Ànoe ƒiaƒiaƒia ahaɖuɖɔ eƒe gbagbana biɖabiɖa, eye ade abi wò no ŋu; Aƒetɔ Yehowa be: Nyee gblɔe! Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi neŋlɔm be, eye netsɔm ƒu gbe ɖe megbewò la, eyata wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ anɔ dziwò.
”Nunɔlaa ɖeke megano wein, ne ele xɔxɔnu metɔ yi ge o.
”Ke Daniel do de ta me be, yemele fia ƒe nuɖuɖu kple wein tsɔ ge agblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o, eye wòɖe kuku na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, ne yemagagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o.
”Tso gbemagbe dzi dzikpɔla la ɖe woƒe nuɖuɖu kple wein, si woɖo na wo la ɖa, eye wòna ama wo.
”Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.
”Amatrewɔwɔ, wein kple aha yeye ɖe wòɖoa lã ame.
”Le míaƒe fia ƒe ŋkekenyuie dzi la amegãwo tsɔã wein ƒe dzoʋuʋu dea dɔ lã me na wo ɖokui; ebɔa ha kple fewuɖulawo.
”Mi ahamulawo, minyɔ, eye mifa avi! Mi weintsunolawo katã, mixa nu ɖe aha yeye ŋu, elabena woɖee le nu me na mi.
”Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.
”Ke miena wein Mawu ƒe kluwo wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o!
”mi amesiwo noa wein le vɔsatrewo me, eye miesa ami veviwo, eye Yosef ƒe abixɔxɔ metsɔa fu lã me na mi o!
”Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.
”Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.
”Baba na amesi na nu ehavi wòno, eye wòku dziku nɛ wono mu, be yeakpɔ eƒe ama! Ŋukpe aɖi ƒo na wò, eye menye bubu o; wò hã noe, ne naɖe ama, Yehowa ƒe nuɖusi lé kplu la wòva ɖo gbɔwò, eye, wò bubu aɖi gbɔ.
”Elabena Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu hã o, eye wogblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu hã, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesia enye nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. Eye nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.
”Ke ne dɔla vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la tsi anyi, eye woade asi eƒe hadɔtsɔlawo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu kple ahamulawo, dɔla ma ƒe aƒetɔ ava te ŋkeke, si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu: afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.
”Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.
”Elabena Yohanes, mawutsidetanamela va, meɖua abolo o, menoa aha o, eye miegblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ le eme. Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu, eye miegblɔ bena: Nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.
”Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha; dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si mele mɔ kpɔm ne o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafee ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu.
”Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;
”Ke esi nuɖuɖudzikpɔla la ɖo tsi, si trɔ zu wein, kpɔ la, — eye menya afisi wòtso o, hafi subɔla, siwo ku tsi la vɛ la, woawo nyae — tete nuɖuɖudzikpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la, eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.
”Ke bubuwo le alɔme ɖem ɖe wo ŋu gblɔ bena: Aha yeye le wo mum. Tete la Petro kple ame wuiɖekɛawo tsi tre, eye wòkɔ eƒe gbe dzi gblɔ na wo bena: Yudea-ŋutsuwo kple mi amesiwo katã nɔa Yerusalem, minya esia, eye mina nye nyawo nayi ɖe miaƒe towo me; elabena menye aha amesiawo mũ, abe alesi miele bubum la ene o; elabena ŋkeke ƒe ga ƒoƒo etɔ̃lia ko wònye: Ke esia nye nya, si wogblɔ to nyagblɔɖila Yoel dzi bena:
”Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasi wɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o; hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.
”Enyo bena, màɖu lã o, eye màno aha hã o, alo mawɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o.
”Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa? Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.
”Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o.
”Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.
”Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa? Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu!
”Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.
”Nenye ame ƒe susu nue mewo aʋa kple lã wɔadãwo le Efeso la, ekema viɖe ka wònye nam? Ne womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la, ekema „minɛ míaɖu nu, eye miano nu, elabena etso miele kuku ge!“ Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo. Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.
”Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
”Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ, eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me,
”Eyata azɔ migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi. Elabena amesiwo dɔa alɔ̃ la, zãe wodɔa alɔ̃, eye amesiwo mua aha la, zãe womua aha; ke mí amesiwo nye ŋkeke tɔwo la, mina mianɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu, eye míaɖɔ xaxa ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la. Elabena Mawu meɖo mí na dziku o, ke boŋ, bena xɔxɔ nasu mía si to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,
”Azɔ la ele na dzikpɔla bena, mokaka naganɔ eŋu o: Wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ɖokuidziɖula, ame ɖɔŋuɖo, nudzeamewɔla, amedzrowɔla, amesi nya nufiafia; menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o,
”Nenema ke subɔlawo hã nalé wo ɖokui nyuie: Wòaganye aɖeveetɔwo o, wòaganye aha geɖe nolawo o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o,
”Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.
”Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo. Elabena nye la wotsɔm le memem xoxo, eye nye dzodzoɣi la gogo.
”Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o; ke boŋ wòanye amedzrowɔla, nunyuilɔ̃la, ame ɖɔŋuɖo, dzɔdzɔetɔ, kɔkɔetɔ kple ɖokuidziɖula,
”bena ame tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me. Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo,
”Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be, woaɖu wo ɖokui dzi nyuie.
”eye wòɖea mí, bena míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míano anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me,
”Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo eye abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o, ke boŋ abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: „Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.“
”Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;
”Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene; minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.
”Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.
”Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.
”amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,
”Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.
”