20 – Gbedodoɖa
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Gbedodoɖa.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Gbedodoɖa.
Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe amesiwo wɔa vɔ̃ la.
”Dawiɖ ƒe ha na dzekulawo ƒe henɔ. Yehowa, nye nyawo nede tome na wò, se nye hũɖeɖe, eye nalé to de nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na. Yehowa, se gbenye le ŋdi, medzra ɖo ɖe ŋuwò le ŋdi hele asiwo nu kpɔm.
”Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí! Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene! Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.
”Abraham xɔ dzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye amesi nye anyi kple afi ko la, meɖo dzi be, maƒo nu kpli wò, Aƒetɔ!
”Eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na wòadze edzi nam egbea, eye nave nye aƒetɔ Abraham nu! Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to, eye ne dua me nyɔnuviwo va tsi du ge, eye ava me be, nyɔnuvia ɖe ava, amesi magblɔ na bena: Na tsim mano, eye woaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano lã, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò ɖɔla Isak, eye eya me madze sii le be, eve nye aƒetɔ nu! Ke esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, kpɔ ɖa, Abraham nɔvi Naxor srɔ̃ Milka vi, Betuel ƒe vinyɔnuvi Rebeka lé ze ɖe abɔta va tsi du ge.
”Ke Isak, ƒo koko na Yehowa le srɔ̃a ta, elabena etsi ko. Eye Yehowa ɖo to eƒe kokoƒoƒo la, eye srɔ̃a Rebeka fɔ fu.
”Yakob ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsua ɖe va te kame kplii ʋuu, vaseɖe esime agu dze. Ke esi wòkpɔ be, yemate ŋui o la, etɔ asi eƒe aligo, eye Yakob ƒe aligokpeƒe ɖɔ li, le esime wole ka mea tem la. Eye ŋutsu la gblɔ bena: Ɖe asi le ŋunye, elabena agu le dzedzem! Ke eɖo ŋu bena: Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nayram hafi. Ebiae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eɖo ŋu bena: Yakob. Eye wògblɔ bena: Womagayɔ wò be Yakob akpɔ o, ke boŋ Israel, elabena ete kame kple Mawu kpakple ame, eye nete ŋui. Tete Yakob biae bena: Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti gɔ̃ nèle nye ŋkɔ ta biam? Eye wòyrae lé afima. Eye Yakob na ŋkɔ teƒe la be Pniel, elabena egblɔ be: Mekpɔ Mawu ŋku me kple ŋku me: gake metsi agbe.
”Eye wono Yehowa gbɔ afima ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ, abolo maɖumaɖu kple tsi manomanoe. Eye woŋlɔ nubabla ƒe nya ewoawo ɖe kpeawo dzi.
”Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?
”Ne miedi Yehowa, mia Mawu, le afima la, míakpɔe, nenye be, miedi eyome mɔ tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me ko. Ne nu siawo katã va dziwò le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me, eye nèɖo xaxa me la, ekema atrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye aɖo to eƒe gbe; elabena Yehowa, wò Mawu la, Mawu nublanuikpɔla wònye, maɖe asi le ŋuwò alo agblẽ wò o, eye maŋlɔ nubabla, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo la be o.
”Esi meyi to la dzi, be maxɔ kpeawo, esiwo dzi nusi Yehowa bia kpli mi le la, metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abolo maɖumaɖu kple tsi manomano;
”Eye mede ta agu ɖe Yehowa ŋku me abe tsã ene, ŋkeke blane kple zã blane, abolo maɖumaɖu kple tsi manomano le miaƒe nuvɔ̃, siwo katã miewɔ la ta; elabena miewɔ vɔ̃ hedo dziku na Yehowa.
”Ale mede ta agu na Yehowa, eye metsi nenema ŋkeke blane kple zã blane, le esi Yehowa gblɔ be, yeatsrɔ̃ mi ta.
”Ke metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abe tsã ene; eye Yehowa se nye gbe ɣemaɣi hã, eye Yehowa be, yemagatsrɔ̃ wò o.
”Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.
”Tete Israel-viwo katã kple aʋakɔ blibo la yi Betel ɖafa avi, eye wotsi Yehowa ŋku me le afima, wotsi nu dɔ gbemagbe vaseɖe fiẽ, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ lé Yehowa ŋku me.
”Tete Yehowa va tsi tre ɖi, eye wòyɔe abe tsã ene bena: Samuel! Samuel! Eye Samuel gblɔ bena: Ƒo nu, wò dɔla ke to ɖi!
”Ke nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!
”Eye Salomo te ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel-ameha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo do ɖe dziƒo gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mele abe wò ene le dziƒo afime kple anyigba dzi afi o; èdzra nubabla kple amenuveve ɖo na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple woƒe dzi blibo.
”Eye wòva me, esime Salomo wu gbedodoɖa kple kokoƒoƒo siawo katã nu na Yehowa vɔ la, etsi tre tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui la gbɔ, afisi wòdze klo ɖo ɖeke eƒe abɔwo do ɖe dziƒo la.
”Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu. Tɔ nam, Yehowa, tɔ nam, ne dukɔ sia nadze sii be, wò Yehowa enye Mawu, eye wòe agatrɔ woƒe dziwo! Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ. Eye esi dukɔ blibo la kpɔe la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Yehowae nye Mawu, Yehowae nye Mawu!
”Yehowa, ƒu to anyi, ne nase nu! Yehowa, ʋu wò ŋkuwo, ne nakpɔ nu, eye se Sanxerib ƒe nya, siwo wòɖo ɖa, be yeatsɔ ɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu!
”Eyata Yehowa, mia Mawu, ɖe mi tso esi me dzro, ne anyigba dzi tiaɖuƒewo katã nadze sii bena, wò ɖeka koe nye Yehowa Mawu!
”Tete wòtrɔ mo ɖe gli ŋu hedo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, kple alesi mewo nusi nyo le ŋkuwò me la. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.
”Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.
”Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ! Miɖe gbe ƒã eƒe nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome!
”Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ ta se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa!
”Mido akpe na Yehowa, elabena eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!
”eye ele na wo be, woatsi tre ɖi ŋdi sia ŋdi, ne woada akpe na Yehowa, eye woakafui; alea woawo le fiẽ hã.
”Eye wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo. Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mede nuwò le dziƒo kple anyigba dzi o, èléa nubabla kple amenuveve me ɖe asi na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple dzi blibo.
”Trɔ ɖe wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo ŋu, Yehowa, nye Mawu, ne nase eƒe ɣli kple wò dɔla ƒe gbe, si wòdo ɖa le ŋkuwò me. Ne wò ŋkuwo nana ʋuʋu ɖe xɔ sia ŋu zã kple keli ɖe teƒe, si ŋu nègblɔ le be, yeatsɔ yeƒe ŋkɔ aɖo la ŋu, eye nase gbe, si wò dɔla ado ɖa le teƒe sia. Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nasee le nowòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsɔe ke!
”eye amea ɖe alo Israel-dukɔ blibo la dze si eƒe fuɖename kple veve la, eye wòke eƒe abɔwo me ɖo ɖe xɔ sia dzi la, ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, eye naɖo eteƒe na amesiame le eƒe zɔzɔmewo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzii ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo ƒe dzi, ne woavɔ̃ wò, eye woazɔ wò mɔwo dzi ŋkeke, siwo katã wole agbe le anyigba, si nètsɔ na mía fofowo la dzi.
”Azɔ nye Mawu, wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu, eye wò towo nenɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu.
”eye nye dukɔ, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, bɔbɔ eɖokui, wodo gbe ɖa, eye wodi nye ŋku me, eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, ekema masee le dziƒo, eye matsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye mayɔ dɔ woƒe anyigba la. Azɔ nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu, eye nye towo anɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu.
”Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃, elabena metsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa didi ŋu o.
”Tete Asa yɔ Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena: Yehowa, amea ɖeke meli kpe ɖe ŋuwò, si axɔ na ame le ame kako kple ame beli ƒe aʋawɔwɔ me o. Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, elabena wòe miede mee, eye le wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu; Yehowa, wòe nye mía Mawu, eye amegbetɔa ɖeke mate ŋu axe mɔ na wò o.
”Eye woge ɖe nubabla me, be yewoadi Yehowa, yewo fofowo ƒe Mawu la, tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.
”Eye nunɔlawo kple Lewi-viwo tsi tre heyra dukɔ la, eye wose woƒe gbe, eye woƒe gbedodoɖa de eƒe nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo.
”Ke fia Xizkiya kple nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, wodo gbe ɖa le nya sia ta, eye woɖo ɣli ɖo ɖe dziƒo.
”Tete mede gbe ƒã le Ahawatɔsisi la nu be, woatsi nu adɔ, ne míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me, eye míabia afɔ nyui tsɔtsɔ tso esi na mía ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe kesinɔnuwo katã. Elabena ŋu le kpeyem be, mabia aʋakɔ kple sɔdolawo le fia si, ne woaxɔ na mí tso futɔvvo si me le mɔta, elabena míegblɔ na fia la bena: Mía Mawu ƒe asi le amesiwo katã dinɛ la dzi hena woƒe nyonyo, ke eƒe ŋusẽ kple dziku le amesiwo katã gblẽnɛ di la dzi. Ale míetsi nu dɔ, eye míeƒo koko na mía Mawu la le esia ta, eye wowɔ edzi na mi.
”Eye esi wole fiẽnuɖuvɔ sam la, metsi tre tso nye nuxaxa me, eye nye awu kple nye awu ʋlaya la dzedze, eye medze klo heke nye abɔwo me na Yehowa, nye Mawu la, gblɔ bena: Nye Mawu, ŋu le kpeyem ŋutɔ, be mawu mo dzi na wo, nye Mawu: elabena míaƒe vodadawo gbɔ mía ta, eye míaƒe fɔɖiɖiwo kɔ yi ɖatɔ keke dziƒo ke.
”Tete Ezra fɔ tso mawuxɔ la ŋgɔ heyi Yoxanan, Elyasib vi ƒe xɔ me. Eye esi wòva afima la, meɖu abolo o, eye meno tsi o. Elabena exa nu le aboyomeawo ƒe nu tovo wɔwɔ ŋuti.
”Esi mese nya siawo la, mebɔbɔ nɔ anyi hefa avi, eye mexa nu, ŋkeke geɖe, metsi nu da, eye medo gbe ɖa le dziƒo Mawu la ŋku me gblɔ bena: Ao, Yehowa, dziƒo Mawu, wò Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, amesi lea nubabla kple amenuveve me de asi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe seawo me ɖe asi la, ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃.
”Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye dukɔ blibo la wu asi dzi heɖo ŋu bena: Neva me! Neva me! Wobɔbɔ hede ta agu de Yehowa ŋku me, eye wotsyɔ mo anyi.
”Le dzinu sia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Israel-viwo va kpe la, wotsi nu dɔ, wota akpanya, eye ke le ta me na wo. Eye Israel-ƒome la ɖe eɖokui ɖa tso amedzroviwo katã dome, eye wote va heʋu woƒe nuvɔ̃wo kple wo fofowo ƒe vodadawo me.
”Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi.
”Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!
”Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa
”Nyee wònyea, anye ne matrɔ ɖe Mawu ŋu, eye matsɔ nye nya ade asi na Mawu, amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o,
”Ke ne èdi Mawu vevie, eye nèƒo koko na ŋusẽkatãtɔ la,
”Azɔ ne èdzra wò dzi do, eye nèke wò alɔwo me nɛ,
”Ekema yɔm, eye matɔ, alo nyea maƒo nu, eye nado eŋu nam!
”Ne edo gbe ɖa nɛ la, aɖo to wò, eye àwɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi.
”Wodo ɣli le ame vɔ̃ɖiwo ƒe dadaa ta, ke meɖo eŋu o. Yakanyawo koe Mawu mesena o, eye ŋusẽkatãtɔ la meléa ŋku ɖe eŋu o.
”Eye Yehowa gaɖo Hiob tè, le esi wòde kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve.
”Metso gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe ta dze. Sela.
”Dawid ƒe ha na kasaŋkutɔwo ƒe henɔ. Ne meyɔ wò la, tɔ nam, nye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu, wò amesi na alɔmeɖeƒem le xaxa me; ve nunye, eye nase nye gbedodoɖa!
”Dawiɖ ƒe ha na dzekulawo ƒe henɔ. Yehowa, nye nyawo nede tome na wò, se nye hũɖeɖe, eye nalé to de nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na. Yehowa, se gbenye le ŋdi, medzra ɖo ɖe ŋuwò le ŋdi hele asiwo nu kpɔm.
”Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, megblẽa amesiwo dia yowòme mɔ la ɖi o.
”Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.
”Dawid ƒe gbedodoɖa. Yehowa, se nye dzɔdzɔe, ɖo to nye ɣlidodo, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o la ŋuti!
”Mawu, mele yɔwòm, elabena àtɔ nam; lé to ɖe ŋunye, eye nase nye nuƒoƒo!
”Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.
”Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi.
”Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.
”Yehowa, mele yɔwòm kple ɣli, see, ve nunye, eye natɔ nam! Nye dzi tsa wò nya gaɖo ŋkuwò me be: „Midi ŋkunye me!“ Yehowa, ŋkuwò me madi.
”Kpɔ mɔ na Yehowa, se ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! E, kpo mɔ na Yehowa!
”Dawid tɔ. Yehowa, wò yɔm mele. Nye aga, megado tokum o, be ne èdo tokum la, ne manɔ abe amesiwo yi aʋli me la ene o! Se nye kokoƒogbe, ne meɖo ɣli na wò, eye mewu nye asiwo dzi ɖo ɖe wò kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la!
”Dawid ƒe ha na henɔ la. Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o! Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye la ɖem! Ƒu to anyi ɖe ŋunye, ɖem asi tsɔtsɔe; zu agakpe, si nye sitsoƒe nam, kple mɔ̃ sesẽ, ne naxɔ nam!
”Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòdem tso nye ŋɔdziwo katã me. Amesiwo tsɔ ŋku ɖo eŋu la, dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi ɖã o. Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me. Yehowa ƒe ɖɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe. Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso.
”Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu. Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi. Wodo ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo katã me. Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.
”Ekema manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le eme geɖewo dome.
”Zi kpi na Yehowa kpoo, eye nakpɔ esinu! Dzi megaku wò ɖe amesi ƒe mɔwo dzea dzi nɛ, kple ŋutsu, si nye ayetɔ la ŋu o!
”Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo nede to me na wò, eye megazi kpi kpɔ nye aɖatsiwo o, elabena amedzro menye le gbɔwò, eye amegbɔme menye abe fofonyewo katã ene.
”Dawid ƒe ha na henɔ la. Mele mɔ kpɔm na Yehowa kakaka, eziɔ to ɖe ŋunye, eye wòsa nye ɣlidodo.
”Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbe ƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.
”Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò! Amesiwo dia wò xɔname la, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa lolo! Ke nyea, nenye be, hiã tum, eye meɖo ko hã, Aƒetɔ la alé be nam. Nye kpeɖeŋutɔ kple xɔnamele nẽnye; nye Mawu, megahe ɖe megbe o!
”Ŋkeke me la Yehowa ɖɔ eƒe amenuveve ɖa, le zã me la eƒe ha le nunye, eye medo gbe ɖa na nye agbe ƒe Mawu la.
”Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi! Yehowa Zebaot li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye mɔ̃ sesẽ na mí! Sela.
”Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la! Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!
”Kpɔ ɖa, nyateƒe, si le dzi me la, nèdina, eyata ɖe nunya fiam le adzame!
”Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ. Mawu, se nye gbedodoɖa, eye megaɣla dokuiwò ɖe nye kokoƒoƒo o!
”Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam. Mefa konyi, eye meɖe hũ le fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ, eye wòɖo to nye gbe.
”Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔtawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.
”Nye ŋusẽ, asiwò nu kpɔm mele, elabena Mawu enye nye sitsoƒe. Nye Mawu ava kpem kple eƒe amenuveve, Mawu ana nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi.
”Dawid tɔ na kasaŋkuwo ƒe henɔ. Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu! Anyigba ƒe mlɔenu ke mele yɔwòm tsoe, esime nu te nye dzi ŋu; tsɔm ɖo agakpe, si kɔ nam akpa la dzi!
”Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun. Nyateƒee, doɖoe zi le nye luʋɔ ŋu kpoo na Mawu, eya gbɔ nye xɔname tso. Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã akpe o.
”Nye luʋɔ, zi ɖoɖoe na Mawu kpoo ko, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso. Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o! Nya xɔname, nye bubu kple nye ŋusẽ ƒe aga le Mawu gbɔ, eye Mawu me nye sitsoƒe le. Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo le eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe! Sela.
”Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi. Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi.
”Eya metsɔ nye nu do ɣli na, eye kafukafu le nye aɖe te na. Ɖe wònye ɖe meɖo nu vɔ̃ɖi ɖe nye dzi me la, anye ne Aƒetɔ la gbe toɖoɖom. Ke Mawu see, eye wòɖo to nye gbedodoɖa ƒe gbe. Woakafu Mawu, amesi megbe nye gbedodoɖa o, eye mete eƒe amenuvevem o!
”Meɖo ɣli nu ti kɔ nam, eye nye gbe me xe, mele mɔ kpɔm na nye Mawu ʋuu wòti nye ŋkuwo.
”Hiãtɔwo akpɔe, eye woɔkpɔ dzidzɔ. Mi amesiwo le Mawu dim la, miaƒe dzi negbɔ agbe!
”Megagblẽ nu o! Hadzidzi, Asaf ƒe ha na henɔ la. Míeda akpe na wò, Mawu, míeda akpe na wò, wò ŋkɔ mo kpuiƒe, eye wole wò nukunuwo xlẽm fia.
”Asaf ƒe ha na henɔ Yedutun. Mekɔ gbe dzi na Mawu, eye mele ɣli dom; Mawue mekɔ gbe dzi na, ɖo tom! Medi Aƒetɔ la le nye xaxaɣiwo me; meke nye abɔwo me le zã, eye womedo agblɔ o; akɔfafa la, toxa ko nye luʋɔ le esem ɖo.
”Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o.
”Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu! Mayɔ wò le nye xaxagbe, elabena àɖo tom.
”Hadzidzi. Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Dɔléle“ ƒe gbe nu. Heman tso Ezrax-viwo dome ƒe nufiameha. Yehowa, nye xɔname ƒe Mawu, medo ɣli le ŋkeke me, eye zã me la mele ŋkuwò me. Nye gbedodoɖa neva ŋkuwò me, eye naƒu to anyi de nye kokoƒoƒo ŋu!
”Ke nyea medo ɣii na wò, eye ŋdi la nye gbedodoɖa va ŋkuwò me.
”Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si!
”Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,
”Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.
”Dzudzɔgbehadzidzi la. Enyo be, woade akpe na Yehowa, eye woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ, wò dziƒoʋitɔ la, woade gbe ƒã wò amenuveve le ŋdi kple wò nuteƒewɔwɔ le zãwo me,
”Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo de Yehowa, mía wɔla, ŋku me! Elabena eya nye mía Mawu, eye míawo míenye dukɔ le eƒe lãnyiƒe kple eƒe si me lẽwo. Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime ahe le Meriba kple gbemagbe le Masa le gbeadzi ene o!
”Hiãtɔ ƒe gbedodoɖa, ne nu te eŋu, eye wòtrɔ eƒe konyifafawo ƒo ɖe Yehowa ŋku me. Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò! Megaɣla wò mo ɖem le nye xaxagbe o, ƒu to anyi ɖe ŋunye! Netsɔ, naɖo tom le gbesigbe meyɔ wò!
”atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.
”Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu; amesiwo katã dia Yehowa la, ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ! Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ la se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa!
”Nye klo zu hehe le nutsitsidɔ ta, eye ami no le lã me nam.
”Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe kple nye kokoƒoƒo. Elabena eƒu to anyi ɖe ŋunye, eyata mayɔe le nye agbe me ŋkekewo me. Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, tsiẽƒe ƒe ŋɔdzi lém, eye mekpe hiã kple nuxaxa. Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be: Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!
”Wòe mase ekpedavɔ na, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.
”Meyɔ Yehowa le xaxa me, Yehowa tɔ nam hetsɔm ɖo teƒe keke.
”Meda akpe na wò, be nèɖo tom, eye nènye xɔnametɔ nam.
”Woayra amesiwo wɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi, amesiwo dinɛ tso dzi blibo me;
”Medi wò tso dzi blibo me, megana matra tso wò seawo gbɔ o!
”Meyɔ wò tso dzi blibo me, Yehowa, ɖo tom; malé wò ɖoɖowo me ɖe asi. Meyɔ wò, xɔ nam, ne malé ŋku ɖe wò ɖaseɖiɖiwo ŋu. Meɖo ɣli, hafi ŋu nava ɖe le eme; wò nya la sinu dzɔm mele. Nye ŋkuwo le te hafi zãdzɔɣiwo ɖo, bene made ŋugble le wò nyawo ŋu. Ɖo to nye gbe le wò amenuveve la nu; Yehowa, gbɔ agbem le wò ɖoɖoawo nu.
”Mɔzɔha. Yehowa, globoƒe mete yɔwòm tso! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu.
”Mele mɔ kpɔm na Yehowa, nye luʋɔ le mɔ kpɔm, eƒe nya sinu dzɔm mele. Nye luʋɔ le mɔ kpɔm na Aƒetɔ la wu zãdzɔla na ŋdi, wu zãdzɔla gɔ̃ na ŋdi.
”Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.
”Mida akpe na mawuwoƒe Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee.
”Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la, elabena eƒe amenuveve li tegbee.
”Dawid ƒe ha. Yehowa, mele yɔwòm, afɔ netsɔ ɖe ŋunye; se nye gbe, ne mele yɔwòm. Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.
”Dawid ƒe nufiameha, esime wònɔ agado me; gbedodoɖa. Metsɔ nye gbe do ɣli na Yehowa, nye gbe metsɔ ƒo koko na Yehowa. Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋku me, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋku me.
”Dawid ƒe ha. Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye kokoƒoƒo ŋu, eye naɖo tom le wò nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye nu!
”Ŋkuwo katã le asiwo nu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo ɖe enaɣi; èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe. Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me. Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.
”Ekema woayɔm, eya nyematɔ o; woadim, ke womakpɔm o. Le esi wolé fu sidzedze, eye womedo Yehowa-vɔvɔ̃ o, le esi womelɔ̃ ɖe nye aɖaŋuɖoɖo dzi o, eye woɖo vlo nye mokanamewo katã ŋuti la,
”Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.
”Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.
”Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ, ne wòaƒo nu le Mawu ŋku me o; elabena Mawu le dziƒo, eye wòa nèle anyigba, eyata wò nyawo nenɔ ʋee.
”Melé fu miaƒe dzinu yeyewo kple miaƒe ŋkekenyuiewo, wòzu agba nam, eye wo tsɔtsɔ glom. Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi! Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!
”Eyata mele Yehowa, amesi tsyo nu eƒe ŋku me ɖe Yakob ƒe aƒea la sinu dzɔm, eye mele mɔ kpɔm nɛ.
”Ele nye luʋɔ dzrom le zã me, nye gbɔgbɔ hã le diwòm le menye; elabena ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo va anyigba dzi la, xexeametɔwo srɔ̃a dzɔdzɔenyenye.
”Zion-dukɔ, si le Yerusalem, meganɔ avifafa dzi o, elabena ave nuwò vavã le wò aƒadodo ta; ne enya see ko la, atɔ na wò.
”ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.
”Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wotsɔ kpui ƒe.
”mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi; elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.
”De nutsitsiɖɔ, si melɔ̃na, kple ŋkeke, si dzi amegbetɔ naka hiã eɖokui la, enye esia? Ne wobi ta ɖe anyi abe keti ene, eye womlɔ akpanya kple afi dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke, si adze Yehowa ŋua? Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,
”ke boŋ miaƒe vodadawoe klã mia kple miaƒe Mawu dome, eye miaƒe nuvɔ̃woe na be, wòɣla ŋku me ɖe mi, be magaɖo to mi o.
”Mele nyanya na amesiwo wu media nye mɔ o, eye mele kpɔkpɔ na amesiwo mediam o; megblɔ na dukɔ, si meyɔa nye ŋkɔ o la be: Nyee nye esi, nyee nye esi!
”Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.
”Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi, esi me womaɖe le o, eye woaɖo ɣli nam, ke nyemaɖo towo o. Eye Yuda-duwo kple Yerusalemtɔwo wòayi aɖado ɣli na mawu, siwo woɖoa dzudzɔ na, ke womaxɔ na wo le woƒe hiã me o.
”Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mo kpɔm na la mi. Miayɔm, miaɖado gbe ɖa nam, eye maɖo to mi. Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko. Eye mana miakpɔm, Yehowa ye gblɔe. Magaɖo mi te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe, siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye makplɔ mi agbo va teƒe, si mena woɖe aboyo mi le, Yehowa ye gblɔe.
”Yɔm, ekema matɔ na wò, eye maɖe nu gã kako, siwo mènya o la, afia wò.
”Eyata yi naɖaxlẽ agbalẽ sia, Yehowa ƒe nya, siwo neŋlɔ tso nunye me la, ɖe dukɔ la ƒe to me le Yehowa ƒe me le nutsidɔgbe, eye naxlẽe ɖe Yuda blibo, si tso woƒe duwo me va la hã ƒe to me. Amea ɖe menya nu o woatsɔ kokoƒoƒo abɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, elabena dɔmedzoe kple dziku, si ŋu Yehowa ƒo nu le na dukɔ sia la teƒe mekɔ o.
”Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la Israel-viwo kple Yuda-viwo siaa atrɔ agbɔ, eye woano avi dzi ava ɖi Yehowa, woƒe Mawu la. Woabia Zion ta ase, eye afima ma anɔ ŋku dzi na wo be: „Mina míaku ɖe Yehowa ŋu, eye míabla nu mava, si womaŋlɔ be akpɔ o!“
”Yehowa ƒe ɖɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ si le edim la ŋu. Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.
”Mina míakɔ míaƒe dzi kple míaƒe asiwo dzi ɖo ɖe Mawu le dziƒo.
”Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èkpɔea? Egale ŋunyɔnu gãwo kpɔ ge wu esia. Eye wòkplɔm va Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu metɔ, kpɔ ɖa, ano ŋutsu blave vo atɔ̃ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mo nu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome, wòtrɔ megbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye wotrɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe hele gbe dom ɖa na ɣe do de ɣedzeƒe gome. Eye wògblɔ nam be: Amevi, èkpɔea? Ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋunyɔnu, siwo wɔm wòle le afisia, mesɔ gbɔ nɛ o, hafi wotsɔ ŋutasesẽ le anyigba dzi yɔm, eye wole dziku dom nam de edzia? Kpɔ ɖa, wotso hahlayɛ le dodom ɖe woƒe ŋɔti nu. Eyata nye hã mawo nu le dziku me, nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo ta o; eye me wodo ɣli ɖe to me nam sesĩe hã la, nyemasee na wo o.
”Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo; eɖea nusi me goglo, kple nu ɣaɣla fiana, enya nusi le viviti me, elabena kekeli le egbɔ. Fofonyewo ƒe Mawu, meɖa akpe na wo, eye mekafu wo, be nẽna nunya kple ŋusẽm, eye néɖe nusi míebia wò la fiam; elabena fia ƒe nyae nèɖe fia mí!
”Fiaɖuƒe la ƒe tatɔwokatã, anyigbanunɔlawo, amegãwo, aɖaŋudelawo kple dzikpɔlawo de adaŋu be, fia la naɖo ɖoɖo, eye wòade se sesẽa de be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbelɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me. Eyata fia, ɖo kpe se la dzi, eye nade ŋkɔ ete be, tɔtrɔ maganɔ eŋu o ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu. Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.
”Esi Daniel se be, wode ŋkɔ nuŋɔŋlɔa te la, eyi eƒe me le dziƒoxɔ, si ƒe fesrewo nu ɖo ta Yerusalem la me, eye wòdze klo do gbe ɖa na eƒe Mawu hekafui gbe ɖeka zi etɔ̃, abe alesi wòwɔna tsã ene. Tete ŋutsu mawo ge ɖe eme, eye wokpɔ Daniel wole gbe dom ɖa hele koko ƒom le eƒe Mawu ŋku me. Tete wova fia la gbɔ ƒo nu kplii le fia ƒe se la ŋu bena: Ɖe mèŋlɔ ŋkɔ ɖe sea te be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbetɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me oa? Fia la ɖo ŋu gblɔ bena: Nya la le eme ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu. Emegbe woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ke Daniel, amesi nye Yuda ƒe aboyoviawo dometɔ ɖeka la, meléa afɔ ɖe fia la kple se, si te wòŋlɔ ŋkɔ ɖo la ŋu o, eye wòdoa gbe ɖa gbe ɖeka zi etɔ̃.
”Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko, Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi! Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo.
”Eyata, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo la, eye nana wò ŋku me naklẽ de wò kɔkɔeƒe, si zu aƒedo la dzi; elabena wòe nye Aƒetɔ. Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae. Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.
”Esi megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔ̃wo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le koko ƒom na Yehowa, nye Mawu la, ɖe nye Mawu ƒe to kɔkɔe la ta, esi megale gbe dom ɖa la, ŋutsu Gabriel, si mekpɔ le ŋutega me tsã la, dzo va gbɔnye le flẽvɔsaɣi. Efia num gblɔ bena: Daniel, ɖe meva be, mafia nu wò. Esi nèdze kokoƒoƒo gɔme la, nyaa de tso Mawu gbɔ, eye meva, be magblɔe na wò, elabena wolɔ̃ wò; eyata lé to ɖe nya la ŋu, eye nalé to ɖe ŋutega la hã ŋu.
”Ɣemaɣi nye Daniel mexa nu kwasiɖa eta sɔŋ. Nyemeɖu nu vivia ɖeke o, la kple wein mede nu me nam o, eye nyemesi ami hã o, vaseɖe esime kwasiɖa etɔ̃awo ɖe.
”Kpɔ ɖa, asia ɖe va ka ŋunye, eye wòfɔm ɖe nye klo kple asi dzi. Eye wògblɔ nam bena: Wò Daniel, ame malɔ̃nugbɔa, lé to ɖe nya, si gblɔ ge, mala na wò la ŋu, eye natsi tre: ɖe tewòƒe, elabena azɔ wodɔm ɖe gbɔwò! Eye esi wògblɔ nya sia nam le metsi tre ɖi hele dzodzom nyanyanya. Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va. Persia-flaɖuƒe la ƒe amegã nɔ te ɖe nunye ŋkeke blavevɔ ɖekɛ sɔŋ, eye Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka, va xɔ nam, eye megblẽe ɖe Persia-fiawo gbɔ le gama. Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo. Eye esi wògblɔ nya siawo nam la, meɖe kɔ to, eye gbɔgblɔ bu ɖem.
”Magagbugbɔ ayi nɔnyieƒe, vaseɖe esime woafufu ŋku ahadi nye ŋku me; ne wodo xaxa me la, woadi yonyeme mɔ.
”Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe, eye miɖe gbe ƒã takpegbe! Miƒo ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã nu ƒu ɖe Yehowa, mia Mawu la ƒe me, eye mido ɣli na Yehowa!
”Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye! Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.
”Tete Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la, le lã la ƒe dɔ me gblɔ bena, Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam; medo ɣli tso tsieƒe ƒe ƒodo me, eye nèse nye gbe.
”Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye la, meɖo ŋku Yehowa dzi, eye nye gbedoɖoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kokoe la me.
”Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi. Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me. Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o, ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti. Amea ɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be miatsrɔ̃ o hĩ! Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.
”Emegbe woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣl le woƒe nuwɔua vɔ̃ɖlwo ta.
”Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu; nye Mawu ase nye gbe.
”Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokul ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, amea ɖe menye nu o woatsɔ mi aɣia le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!
”Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?
”Eye du si me nɔlawo atso aɖagblɔ na ekeme me nɔlawo bena: Mitso, ne míayi aɖaƒo koko le Yehowa ŋku me, eye miaɖl Yehowa Zebaot. Nye hã mayi! Eye dukɔ geɖewo kple anyigba dzi dukɔ gawo ava ɖl Yehowa Zebaot la Yerusalem, eye woaƒo koko le Yehowa ŋku me.
”Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!
”Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui.
”ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta,
”Eye ne miele gbe dom ɖa la, migano abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yi xoxo. Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò. Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo. Eyaŋuti migaɖi woawo o; elabena mia Fofo nya nusiwo hiãa mi, hafi miebianɛ.
”Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí! Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene! Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.
”Ke ne míetsi nu do la, migato mo sigbe alakpatɔwo ene o; elabena wogblẽa mo na wo ɖokui, bena amewo nadze si wo abe amesiwo tsia nu dona la ene. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo. Ke wò la, ne èle nu tsim le dɔdɔm la, si ami ɖe ta, eye nafu mo, bena amewo nagadze si wò nutsitsidɔ o; negbe Fofowò, si le ɣaɣlaƒe la ko, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.
”Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka miano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.
”Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi; elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu, eye amesi dia nu la, ekpɔa nu, eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ. Alo ameka le mia dome, ne via abia aboloe la, wòatsɔ kpe anae mahã? Alo ne abia tɔmelãe la, wòatsɔ da anae mahã? Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?
”Tete Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Nukaŋuti miawo kple farisitɔwo mietsia nu dɔna atraɖii, ke wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.
”Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;
”Eye esi wòɖe asi le amehawo ŋu vɔ la, eya ɖeka yi to la dzi be, yeado gbe ɖa. Eye esi zã do la, eya ɖeka tsi afima.
”Megale egblɔm na mi hã bena: Ne mia dome ame eve woawɔ ɖeka le anyigba dzi le nusianu me, eye woaɖe kuku la, ava ve me na wo tso Fofonye, si le dziƒowo la gbɔ. Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.
”Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me. Eye nusianu, si ke míabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe.
”Eye wòtso kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu;
”Tete woa kple Yesu wova teƒea ɖe, si woyɔna be Getsemane, eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mayi aɖado gbe ɖa le afime. Eye wotsɔ Petro kple Zebedeo ƒe ŋutsuvi eveawo kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòde asi nuxaxa me kple dzodzo me nyanyanya. Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim. Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko. Eye wova nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wòkpɔ wo le alɔ me, eye wògblɔ na Petro bena: Ɖe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka oa? Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ. Egayi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne esia nu mate ŋu ayi o, wònye ɖeko manoe la, woawɔ wò lɔlɔ̃nu.
”Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,
”Eye esi wòfɔ fɔŋli la, edo go heyi de gbedzi, eye wòdo gbe da le afima.
”Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo tsia nu dana; eye wova gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dona, eye wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dona o mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ la, womate ŋu atsi nu adɔ o. Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke ma dzi.
”Eye esi wòɖe mo na wo megbe la, edzo heyi ɖe to la dzi, be yeado gbe ɖa.;
”Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu. Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ bena: Mexɔe se, xɔ na nye maxɔse la!
”Eye wògblɔ na wo bena: Esia ƒomevi la mate ŋu ado go to naneke me o, negbe to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me ko.
”Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne. Eyaŋuti mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si ke ta míado gbe ɖa le, eye míabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi.
”Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi. Ke ne mietsɔe ke o la, ekema mia Fofo, si le dziƒowo la, matsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi o.
”Eye wova ɖo teƒea ɖe, si ŋkɔ enye Getsemane; eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mado gbe ɖa. Eye wòɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye dzidzi ƒoe, eye wòde asi dzodzo me nyanyanya. Eye wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ! Eve wote yi ŋgɔ ʋee, eye wòdze klo tsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa bena, ne ate ŋu ava me la, ne gaƒoƒo sia nato ye ŋu ayi. Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko. Eye wòva kpɔ wo wole alɔ̃ me, eye wògblɔ na Petro bena: Simon, alɔ̃ dɔm nèlea? Màte ŋu anɔ ŋudzɔ gaƒoƒo ɖeka oa? Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o! Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.
”Eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagbɔ vaseɖe egɔme.
”Elabena naneke mese na Mawu o.
”eye wònye ahosi, si xɔ ƒe blaenyi vɔ ene, eye medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm kple nutsitsiɖɔ kpakple kukuɖeɖe zã kple keli. Eya hã va tsi tre le gaƒoƒo ma ke dzi, le Aƒetɔ kafum, eye wòƒo nu le eŋuti na amesiwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam.
”Eye esi wòde mawutsi ta na dukɔ la katã, eye woɖee na Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu,
”eye Abosam le etem kpɔ ŋkeke blane sɔŋ. Eye meɖu naneke le ŋkeke mawo me o, eye esi ŋkekeawo wu nu la, dɔ wui.
”Ke ete eɖokui heyi gbedzi, eye wòdo gbe ɖa.
”Ke woawo la wogblɔ nɛ bena: Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna atraɖi, eye wonɔa gbe ɖom ɖa, nenema ke farisitɔwo tɔwo hã wɔna; ke tɔwòwo ɖua nu, eye wonoa nu. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ; ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke mawo me.
”Eye wòva ve me le ŋkeke siawo me bena, eɖo go yi to la dzi be, yeado gbe ɖa, eye wòdo ŋu hele gbe ɖom ɖa na Mawu.
”Ke mi, amesiwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi bena; Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, miwo nyuie na amesiwo lé fu mi; miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta.
”Eye wòva ve me anɔ ŋkeke enyi le nya siawo megbe bena, esi wòɖe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpe ɖe eɖokui ŋu la, eyi to la dzi, be yeado gbe ɖa. Eye esime wòle gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ, eye eƒe awu fu tititi hele dzo dam kaŋkaŋ.
”Eye wòva ve me bena, esi wòle gbe ɖom ɖa le teƒea ɖe, eye wòdzudzɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mi, abe alesi Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene. Eye wògblɔ bena: Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ bena: Mía Fofo, si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Na miaƒe abolo, si asu mia nu gbesiagbe la mi! Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!
”Eye wògblɔ na wo bena; Mia dometɔ ka si xɔlɔ̃ anɔ, eye wòayi egbɔ le zãtitina, eye wòagblɔ na bena; Xɔ̃, do abolo etɔ̃ nam; elabena xɔ̃nyea ɖe tso mo dzi va gbɔnye, ke naneke mele asinye maɖo ekɔme o; eye ɖe ame ma aɖo eŋu nɛ le xɔa me agblɔ bena: Megaɖe fu nam o; ʋɔ la le tutu xoxo, eye vinyewo le aba dzi kplim, nyemate ŋu afɔ ana wò o mahã? Mele egblɔm na mi bena: Ne mefa, eye wònae le xɔlɔ̃, si wònye nɛ ta o la, ekema le fu, si ɖem wòle nɛ ta la ato, eye wòanae alesi nu dim wòle.
”Eye nye la mele egblɔm na mi bena: Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. Elabena amesiame, si le nu biam la, exɔna: eye amesi le nu dim la, ekpɔna; eye amesi le ʋɔa ƒom la, woʋunɛ nɛ. Ke fofo ka le mia dome, si via abia aboloe, eye wòana kpee, alo tɔmelã, eye wòana dae de tomelã teƒe mahã? Alo ne abia koklozi la, wòana dziɖegbee mahã? Azɔ mí, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã? Yesu he nya ɖe farisitɔ, siwo di bena, yewoado vloe bebia dzesi tso dziƒo la ŋuti.
”eye miawo la miɖi amesiwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ bena, ne adzo le srɔ̃ɖeƒe, eye wòava aƒo nɔa la, ne woaʋui nɛ enumake. Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo.
”Eye wòdo lo na wo, le alesi wòle na wo be, woaɖo gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o la ŋuti, gblɔ bena: ʋɔnudrɔ̃laa ɖe nɔ dua ɖe me, amesi mevɔ̃a Mawu o, eye mesia ame hã o. Ke ahosia ɖe nɔ du ma me, eye wòvaa egbɔ enuenu gblɔna bena: Ɖem le nye ketɔ si me. Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la, gake le esi ahosi sia le fu ɖem nam ŋuti la, maɖee, bena mlɔeba la wòagava ade fe ŋku me nam o. Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Mise nusi ʋɔnudrɔ̃la madzɔmadzɔ la gblɔ. Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã? Mele egblɔm na mi bena: Aɖe wo kaba. Gake ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?
”Ame eve yi mawuxɔ me, be yewoado gbe ɖa; ɖeka nye farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla. Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o. Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nusiwo katã sua asinye la, ƒe ewolia nana. Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla! Mele egblɔm na mi bena: Amesia la wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.
”Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.
”ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!
”Ke esi wòɖo teƒea la, egblɔ na wo bena: Mido gbe ɖa bena, miagadze tetekpɔa me o. Eye wòdzo le wo gbɔ anɔ abe kpedadadzeƒe ene, eye wòdze klo do gbe ɖa gblɔ bena: Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tsiwo woawɔ. Ke mawudɔla ɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hele ŋusẽ domii. Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ. Eye esi wòtsi tre tso gbedodoɖa me la, eva nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wòkpɔ wo le alɔ̃ dɔm le nuxaxa ta; eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele alɔ̃ dɔm? Mitsi tre, ne míado gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o!
”Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.
”eye ɣe la ɖo viviti, eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve kpla.
”Eye Yesu tsa aboloawo heda akpe le wo ta, eye wòtso wo na amesiwo le anyinɔƒe; nenema ke hã wòna tɔmelã memee wo geɖe alesi nu dim wole.
”Amesi tso Mawu me la, sea Mawu ƒe nyawo; miawo la miele wo sem o, le esi mietso Mawu me o la ta.
”Mienya bena, Mawu meɖoa to nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ ne amea ɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, eyae woɖoa toe.
”Eya la agbonudzɔla ʋuna nɛ, eye alẽawo sea eyama ƒe gbe, eye wòyɔa ye ŋutɔ ƒe alẽwo kple ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe. Ne eɖe ye ŋutɔ tɔwo katã do go la, edzea ŋgɔ na wo, eye alẽawo dzea eyome, elabena wodzea si eƒe gbe.
”Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.
”Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme;
”Tete wokɔ kpe la da. Ke Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòbena: Fofo, meda akpe na wò bena, èdoa tom. Nye la menyae bena, edoa tom ɖaasi; ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòedɔm ɖa. Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!
”Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me. Ne míabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la màwɔe. Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi. Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me: Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyanɛ hã o; ke miawo la mienya eyama, elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me.
”Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.
”Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.
”Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.
”Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.
”Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi. Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.
”Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò. Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo. Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la. Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si netsɔ nam, be mawɔ la nu. Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la. Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia amesiwo nèɖe tso xexeame nam. Towo wonye, eye netsɔ wo nam, eye wole wò nya la me ɖe asi. Fifi ko wonyã bena, nusiwo katã nètsɔ nam la, gbɔwò wotso; elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa. Nye la mele biabiam ɖe wo nu, menye ɖe xexeame nu mele biabiam ɖo o: ke boŋ ɖe amesiwo nètsɔ nam la nu; elabena tɔwo wonye: eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye tɔwo hã tɔnyee, eye wokɔ ŋutinye le wo me. Eye nyemegale xexeame o, ke woawo le xexeame, eye nye la megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, dzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ, si nètsɔ nam la me, bena woazu ɖeka abe miawo ene! Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, nye la medzra wo ɖo ɖe wò ŋkɔ la me; amesiwo nètsɔ nam la, medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔa ɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu. Ke azɔ la megbɔna gbɔwò, eye mele nusiawo gblɔm le xexeame, bena nye dzidzɔ la nanɔ wo me, ayɔ wo fũ. Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene. Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene. Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe? Sigbe alesi nedɔm ɖo ɖe xexeame ene la, nenema ke nye hã medɔ wo ɖo ɖe xexeame. Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me. Ke menye ɖe amesiawo nu ɖeɖeko mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo le dzinye xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu; bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa. Eye nye la, ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam la, metsɔe na wo, bena woazu ɖeka, sigbe alesi miawo hã míele ɖeka ene. Nye ɖa mele woawo me, eye woawo hã wole menye, bena woazu blibo le nu ɖeka me, bena xexeame nadze sii bena, wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ wo, abe alesi nèlɔ̃m ene. Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi. Fofo dzɔdzɔe, xexeame menya wò o, ke nye la menya wò, eye amesiawo hã wonyã bena, wòe dɔm ɖa; eye mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã mana woawo me.
”Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.
”Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka. Eye kasia gbea ɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Eye aɖe mamãwo ɖo ɖe wo gbɔ lé abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka. Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.
”Eye esi wosee la, wokɔ woƒe gbe dzi na Mawu kple tame ɖeka gblɔ bena: Aƒetɔ, wòe nye Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple woƒe nuwo katã la.
”Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.
”esi amesiawo va la, woɖo gbe ɖa ɖe wo la, bena woaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la.
”Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me, eye wògblɔ bena: Kornelio, wose wò gbedodoɖa, eye woɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo dzi le Mawu ƒe ŋku me.
”Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta. Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm. Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu.
”Tete wotsi nu dɔ, eye wodo gbe ɖa, eye wotsɔ woƒe asiwò da de wo dzi, eye wodo mɔ wo.
”Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.
”Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo. Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu.
”Eye esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi, eye woƒo nu kple aɖe yeyewo, eye wogblɔ nya ɖi.
”Eye esi wògblɔ esiawo la, edze klo, eye eya kpli wo katã wodo gbe ɖa.
”Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi.
”Eye esi wògblɔ esiawo, eye wotsɔ abolo la, eda akpe na Mawu le wo katã ƒe ŋku me, eye wòŋe eme hede asi eɖuɖu me.
”Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ. Ke amesi dzroa dziwo me kpena la, enya nusi nye Gbɔgbɔ la ƒe didi, elabena exɔa nya ɖe ame kɔkɔewo nu, alesi dzea Mawu ŋu.
”Nɔviwò, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ.
”Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi!
”Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu.
”Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena, miade dzinye ate kame le gbedodoɖawo me na Mawu ɖe tanye,
”Elabena amesi tsɔa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, meƒoa nu na amewo o, ke na Mawu boŋ; elabena amea ɖeke mesene o, ke gbɔgbɔ me wòle nya ɣaɣlawo gblɔm le;
”Amesi tsɔa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, edoa eɖokui ɖe ŋgɔgbe; ke amesi le nya gblɔm ɖi la, edoa hame la ɖe ŋgɔgbe.
”Eyata amesi tsoa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, nado gbe da, bene woade gɔme hã. Elabena ne metsɔa gbegbɔgblɔ doa gbe ɖa la, nye gbɔgbɔ la doa gbe ɖa, gake nye tamesusu metsea ku o. Azɔ la alekee? Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ, ke mado gbe ɖa kple tamesusu hã; madzi ha kple gbɔgbɔ, ke madzi ha kple tamesusu hã. Elabena ne èle akpe dam kple gbɔgbɔ la, aleke lawɔ, amesi le numanyamanyatɔ nɔƒe la, agble amen aƒu wò akpedada dzi, esi menya nusi nègblɔ la o mahã? Elabena wò la eda akpe nyuie, gake mèdo ame bubu la de ŋgɔgbe o. Meda akpe na Mawu bena, metsɔa gbegbɔgblɔ gblɔa nya wu mi katã. Ke ne mele ha me la, mele didim bena, matso nye tamesusu agblɔ nya atɔ̃, bene mafia nu ame bubuwo hã awu esi matsɔ gbegbɔgblɔ agblɔ nya akpe ewo.
”Eyata gbegbɔgblɔwo nye dzesi, menye na xɔsetɔwo o, ke na dzimaxɔsetɔwo boŋ; gake nyagbɔgblɔɖi mele na dzimaxɔsetɔwo o, ke na xɔsetɔwo boŋ. Azɔ la nenye hame blibo la katã va kpe ta ɖe afi ɖeka, eye amewo katã tsɔ gbegbɔgblɔ ƒo nu, eye numanyamanyatɔwo alo dzimaxɔsetɔwo ava ge ɖe eme la, womagblɔ bena, tsu kum miele o mahã? Ke nenye wo katã gblɔa nya ɖi, eye dzimaxɔsetɔ alo numanyamanyatɔa ɖe va ge ɖe eme la, wo katã woaƒo nya ɖe enu wòagloe, eye wo katã woadrɔ̃ ʋɔnui, eye eƒe dzimenya ɣaɣlawo adze ƒã, eye ale wòatsɔ mɔ atsyɔ anyi, eye wòado gbe ɖa na Mawu, eye wòaɖe gbe ƒã bena, Mawu le mia dome vavã.
”Nenye be, amea ɖe tsɔ gbegbɔgblɔ ƒo nu la, woanye ame eve alo ƒã la ame etɔ̃, eye woaƒo nu ɖekaɖeka, eye ame ɖeka naɖe egɔme. Ke nenye be, gɔmeɖela meli o la, nezi ɖoɖoe le ha la me: ke neƒo nu na ye ŋutɔ ɖokui kple Mawu.
”Eyata, nɔviwo, midi nyagbɔgblɔɖi vevie, eye migagbe gbebɔgblɔ o.
”nyemedzudzɔ akpedada le mia ŋuti o, esime meɖoa ŋku mia dzi le nye kukuɖeɖewo me, bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me,
”Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.
”Ke amesi tea ŋu wɔna wua nusianu geɖe wua nusiwo katã míebiana alo míedzea si le ŋusẽ, si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le mía me nu la, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe la le ha me le Kristo Yesu me yiɖase dzidzimewo katã dzi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me, eye mida akpe na Mawu, Fofo la, ɖaahe le nuwo katã ŋuti le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me,
”Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta
”Meda akpe na Mawunye le nye ŋkuɖoɖo, siwo katã meɖoa mia dzi la me — ɖaasi le nye kukuɖeɖe, siwo katã meɖena le mi katã mia ta la me, eye metso dzidzo ɖea kuku —
”Eye esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nana agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me, bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu, bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.
”Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.
”Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me. Gake la miewɔe nyuie be, miexɔ nam le nye xaxa me.
”Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.
”Míeɖa akpe na Mawu, si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la, ɖaasi le míaƒe gbedodoɖa ɖe mia ta la me,
”Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,
”Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye minɔ ŋudzɔ le eme kple akpedada, eye mido gbe ɖa ɖe miawo hã mía ta, bene Mawu naʋu nya la ƒe ʋɔtru na mí, ne míagblɔ Kristo ƒe nya ɣaɣla, si ŋuti woblam ɖo hã,
”Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.
”Miedaa akpe na Mawu ɖaasi le mi katã mia ta, eye mieɖoa ŋku mia dzi le miaƒe gbedodoɖawo me,
”Dzi nadzɔ mi ɖaa! Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe! Mida akpe le nusianu ŋuti; elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le Kristo Yesu me hena mi.
”Nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mía ta!
”Mlɔeba la, nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mia la, bena Aƒetɔ ƒe nya la nayi dzi kaba, eye woakɔ eŋuti, abe alesi wòle le miawo hã mia dome la ene,
”Azo mele nu xlɔ̃m le nuwo katã ŋgɔ be, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔxɔdeametawo, akpedadawo le amewo katã ta, le fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta, bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa mele mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me.
”Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.
”Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã nyo, eye womatsri naneke o, nenye be, woxɔe kple akpedada; elabena wokɔ eŋuti to Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa me.
”Ke nyɔnu, si nye ahosi vavã, eye amea ɖeke meli nɛ o la, tsɔa eƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa Mawu dzi, eye wònɔa kukuɖeɖewo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.
”Meda akpe na Mawu, amesi mesubɔna, abe alesi menyae, tso tɔgbuitɔgbuinyewo gbɔ ene le dzitsinya dzadzɛ me, abe alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo dziwò le nye kukuɖeɖewo me zã kple keli o ene —
”Meda akpe na Mawunye ɖaasi, ne meɖoa ŋku dziwò le nye gbedodoɖawo me,
”Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me, amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame,
”Esime wògblɔ be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me ene o!“
”egaɖo ŋkekea ɖe le Dawid nu le ɣeyiɣi sia megbe bena: „Egbegbe,“ abe alesi wogblɔ ɖi ene bena: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime o.“
”Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.
”Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti; eye wònye Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wokpe la me;
”Azɔ, nɔviwo, esi dzideƒo le mía si, be míayi ɖe kɔkɔeƒe la me to Yesu ƒe ʋu la me,
”Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.
”Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.
”Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ. Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.
”Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.
”Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo! Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto. Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.
”Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo. Ne mia dome amea de ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye wòasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee. Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe. Eliya nye ame, eye nu venɛ abe míawo ene, eye wòɖo gbea ɖe ɖa, bena tsi nagadza o, eye tsi megadza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade sɔŋ. Eye wògado gbe ɖa, eye dziƒo na tsi dza, eye anyigba gatse eƒe kutsetse.
”Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe amesiwo wɔa vɔ̃ la.
”Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.
”Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.
”Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.
”eye nusianu, si míebiae la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye miewɔa nusiwo dzea eŋu.
”Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema mienyae bena, miexɔa nusiwo míebia tso egbɔ la.
”Lɔlɔ̃tɔ, mele didim be, nuwo katã nadze dzi na wò nyuie, eye wò lãme nanɔ sesĩe, abe alesi wò luʋɔ le nyuie la ene.
”Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Amesi ke to li nɛ la, nèse nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”