05 – Dziƒo

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Dziƒo.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Korintotɔwo I 2:9

Ke abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpo o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.“

Nyaɖeɖefia 22:3-5

Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe, eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu. Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Daniel 12:2-3

Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ. Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 183 kpukpuiwo

Mose I 1:1

Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.

Mose I 2:9

Eye Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me; eye agbeti la kpakple sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la le abɔ la titina.

Mose I 28:12

Eye wòku drɔ̃e kpɔ atsrɔea ɖe tɔ anyigba, eye eƒe nugbɔ de dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo le eflɔm le dzi yim gale ɖiɖim.

Mose I 28:17

Eye wòyɔ gblɔ bena: Ŋɔdziƒe ka enye si! Afi sia menye afia ɖeke o, negbe Mawu ƒe aƒe kple dziƒogbo ko wonye.

Mose V 10:14

Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo kple anyigba kpakple nusiwo katã le edzi, wonye Yehowa, wò Mawu la to;

Mose V 26:15

Kpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nayra wò dukɔ Israel kple anyigba, si nètsɔ na mi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, abe alesi nèka atam na mia fofowo ene.

Fiawo I 8:27

Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.

Fiawo I 8:30

Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nasee le nɔwòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsoe ke.

Kronika I 29:11

Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.

Nexemya 9:6

Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.

Psalmowo 11:4

Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.

Psalmowo 16:11

Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.

Psalmowo 20:6

Azɔ menyae be, Yehowa xɔna na eƒe amesiamina la, eye wòtsɔa eƒe nuɖusi ƒe nutsuwɔwɔ, siwo xɔna na ame la, tɔna nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la.

Psalmowo 21:4

Ebia agbe tso asiwò, eye néna agbe didii ɖaa tegbee.

Psalmowo 49:9

be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o.

Psalmowo 68:17

Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.

Psalmowo 89:29

Mana eƒe ƒome nana anyi tegbetegbe kple eƒe fiazikpui abe dziƒo ƒe ŋkekewo ene.

Psalmowo 103:11

Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu se de amesiwo vɔ̃nɛ la dzii.

Psalmowo 103:19

Yehowa li eƒe fiazikpui de dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.

Psalmowo 133:3

Ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene; elabena gama Yehowa ɖo yayra kple agbee tegbee.

Lododowo 12:28

Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi; ke mɔ dzeɖexɛ kplɔa ame yia ku mee.

Nyagblɔla 3:11

Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde: mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ, kple tagbɔ ŋu ne

Yesaya 6:1-3

Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ. Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee. Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!

Yesaya 9:7

ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.

Yesaya 11:6

Amegãxi ana alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woana wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi suea ɖe akplɔ wo.

Yesaya 25:8

Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.

Yesaya 57:15

Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.

Yesaya 60:19-21

Ɣe maganye kekeli na wò le ŋkeke me azɔ o, eye dzinu magaɖi na wò, be xexeme nakɔ o; ke boŋ Yehowa anye wò kekeli tegbee, eye wò Mawu anye wò atsyɔ̃ɖoɖo. Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò dzinu magaɖo xɔ o, elabena Yehowa lanye wò kekeli tegbee, eye wò nuxaɣi nu va yi. Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ, eye anyigba anye wo tɔ tegbee, nye atibɔmeti fẽ kple nye asinudɔwɔwɔ, si ade bubu ŋunye la, wonye.

Yesaya 65:17

Elabena kpo ɖa, mawo dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o;

Yesaya 66:1

Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?

Yesaya 66:22

Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee.

Yeremya 31:37

Yehowa be: Ne woate ŋu adzidze dziƒowo le dzi me, eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ le anyi me la, ekema nye hã matsɔ Israel ƒe ƒome blibo la aƒu gbe le nusiwo katã wowɔ la ta, Yehowa ye gblɔe,

Xezekiel 1:26-28

Nane ɖi fiazikpui le dziŋgɔli, si le wo ta me la dzi le abe gbloti ene, eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔ lã, bɔbɔ nɔ nusi ɖi fiazikpuia la dzi. Meɖe ŋku ɖe eƒe ali ŋu ɖo ta dziƒo gome, wòle abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene, eye nane le dzedzem le eme godoo abe dzo ene; eye meɖe ŋku ɖe eƒe ali ŋu ɖo ta anyi me gome, wòle abe dzo ene, eye keklẽ ɖe to ɖee. Keklẽ, si ɖe to ɖee la, le abe alesi anyieʋɔ ɖina ɖe alilikpo ŋu le tsidzadza megbe ene. Esia nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔme. Eye esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi, eye amea ɖe le nu ƒom mese.

Xezekiel 47:12

Ati tseku vovovowo amie ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi, woƒe aŋgbawo mayrɔ o, eye woƒe tsetsewo nu matso o; woatse ku yeye ɣleti sia ɣleti, elabena kɔkɔeƒe la woƒe tsi dzo tso; woƒe tsetse anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋgbawo anye dɔyɔgbe.

Daniel 2:44

Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.

Daniel 7:13-14

Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.

Daniel 7:18

Fiaɖuƒe la asu dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo si, eye fiaɖuƒe la anɔ wo si me ɖaa tegbetegbe.

Daniel 7:27

Woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ: eƒe fiaɖuƒe anye fiaɖuƒe mavɔ, eye dziɖulawo katã àsubɔe ahaɖo toe.

Daniel 12:2-3

Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ. Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.

Mateo 3:2

le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.

Mateo 3:12

amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.

Mateo 4:17

Tso ekema dzi la Yesu de asi gbeƒãdeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!

Mateo 5:3

Woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.

Mateo 5:10-12

Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.

Mateo 5:19-20

Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me. Elabena mele egblɔm na mi bena: Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sa o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.

Mateo 6:9-10

Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!

Mateo 6:13

Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.

Mateo 6:19-21

Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia, nu le la o; ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo dua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpo va fia nu le o: elabena afisi wò nu nyui le la, afima wò dzi hã lanɔ.

Mateo 7:13-14

Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mo la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.

Mateo 7:21

Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.

Mateo 10:7

Eye ne miele yiyim la, miɖe gbe ƒã gblɔ bena: „Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!“

Mateo 11:11

Vava, mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, amea ɖeke metsi tre kpɔ, si wu Yohanes mawutsidetanamela o; gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama.

Mateo 13:10-11

Tete nusrɔlawo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle nu ƒom na wo le lododowo me? Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.

Mateo 13:31-32

Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi logoku, si amea ɖe tsɔ ƒã ɖe eƒe abɔ me; evɔ wònye eyae nye suetɔ le atikuwo katã dome hafi; gake ne etsi ko la, ezua ati, eye wòƒoa abɔmetiwo katã ta; ale bena dziƒoxeviwo va wɔa atɔ ɖe eme.

Mateo 13:43

Tete ame dzɔdzɔeawo laklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me Amesi to senu ti nɛ la, nesee.

Mateo 13:44

Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.

Mateo 13:45-46

Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi asitsala, si le dzonu nyuiwo dim; eye esi wòkpɔ dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye woƒlee.

Mateo 13:47-49

Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo; eye esi wòyɔ fũ la, woɖee va gota, eye wobɔbɔ nɔ anyi ƒo nyuiawo nu ƒu ɖe nuwo me, ke wotsɔ vloawo ƒu gbe. Nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu; mawudɔlawo lado go, eye woamã ame vɔ̃ɖiwo tso ame dzɔdzɔewo gbɔ;

Mateo 13:52

Eye wògblɔ na wo bena: Eyakeŋuti agbalẽfiala sia agbalẽfiala, si wowɔ nusrɔ̃lae na dziƒofiaɖuƒe la la, eɖi aƒetɔ, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo ɖe go tsoa eƒe nudzraɖoƒe la me.

Mateo 14:36

eye wova ɖe kuku nɛ bena, yewoade asi teƒe awuto ko ŋuti; eye ame geɖe alesi nu de asi eŋu la, ƒe lãme sẽ.

Mateo 16:19

Matsɔ dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo ana wò, eye nusi ke nabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒowo, eye nusi ke natu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒowo.

Mateo 18:3

Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.

Mateo 18:10

Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.

Mateo 18:18

Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si ke míabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒo, eye nusianu, si ke miatu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒo.

Mateo 19:14

Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.

Mateo 19:16-22

Eye kpɔ ɖa, amea ɖe va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nufiala, nu nyui ka mawɔ, ne makpɔ agbe mavɔ mahã? Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nèle biayem le nyuie ŋuti mahã? Amea ɖeke mele nyuie o negbe Mawu ɖeka ko; ke ne èle didim bena, yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi. Eye wòbena: Kawoe? Yesu gblɔ nɛ bena: Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o. Bu fofowò kple dawò, eye nalɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene. Ɖekakpui la gblɔ nɛ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama? Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme. Ke esi ɖekakpui la see la, edzo yi kple nuxaxa: elabena nu geɖe le esi.

Mateo 19:23-24

Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, esẽ na kesinɔtɔ bena, wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. Eye megale egblɔm na mi hã bena: Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi de dziƒofiaɖuƒe la mee.

Mateo 19:28-29

Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo. Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.

Mateo 22:2-3

Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via, eye wòdɔ eƒe dɔlawo, bena wòayi aɖayɔ amesiwo wokpe la, ava srɔɖeŋkekenyuieɖuƒee; ke womelɔ̃ bena, yewoava o.

Mateo 22:30-32

Elabena le tsitretsitsi la me la womeɖea srɔ̃ o, eye womenana woɖea wo hã o; ke boŋ wole abe mawudɔlawo le dziƒo ene. Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gome la, ɖe miexlẽ nya, si Mawu gblɔ ɖi na mi bena: „Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbegbewo toe.

Mateo 24:30

Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.

Mateo 24:35

Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.

Mateo 25:1-4

Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃. Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo. Elabena abunetɔwo la wotsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o; ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti.

Mateo 25:21

Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!

Mateo 25:34

Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!

Mateo 25:46

Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.

Mateo 28:18

Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.

Marko 10:14-15

Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la. Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.

Marko 10:17-22

Eye esi wòdze mɔ dzi la, amea ɖe si du va dze klo ɖe eƒe akɔ me, eye wòbiae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, bena manyi agbe mava la dome mahã? Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem bena nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko. Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò. Ke egblɔ nɛ bena: Nufiala, mewo nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke. Ke Yesu kpɔe du, eye wòlɔ̃e, gblɔ ne bena: Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme, eye natsɔ atitsoga la. Ke eto mo le nya sia ŋuti hedzo kple nuxaxa; elabena nu geɖewo le esi.

Marko 12:25-26

Elabena ne woatsi tre atso ame kukuwo dome la, womaɖe srɔ̃ alo woana bena, woaɖe wo o; hafi boŋ wole abe mawudɔla, siwo le dziƒowo la ene. Ke le ame kukuwo gome, bena woatsi tre la, ɖe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me, alesi Mawu ƒo nu nɛ le ŋuve la me bena: „Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã?

Luka 6:20-23

Eye wowu eƒe mo dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi gblɔ bena; Woayra mi, amesiwo nye ame dahewo; elabena miawo toe nye mawufiaɖuƒe la. Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu. Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta. Dzi nadza mi le ŋkeke ma me, eye midzo kpo, elabena kpɔ ɖa, miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema ke wo fofowo wo nya gblɔɖilawoe.

Luka 8:10

Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.

Luka 10:20

Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.

Luka 10:25-28

Eye kpɔ ɖa, sefialaa ɖe tsi tre le etem kpɔ gblɔ bena: Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã? Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka woŋlɔ ɖe segbalẽa me mahã? Aleke xlẽm nèlea? Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene. Eye wògblɔ nɛ bena: Eɖo ŋu nyuie; wɔ esia, eye nakpɔ agbe.

Luka 12:31-34

Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi. Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o. Elabena afisi miaƒe nu nyui le la, afima miaƒe dzi hã lanɔ.

Luka 15:7

Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.

Luka 16:25-26

Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem. Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gãa ɖe le mia kple miawo dome, ale bena, ne amewo le didim be, woatso afii ayi mia gbɔ la, womate ŋui o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mia gbɔ o.

Luka 18:16-17

Eye Yesu yɔ wo va egbɔ gblɔ bena: Mina ɖeviawo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.

Luka 18:18-27

Eye amegãa ɖe va biae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ la dome mahã? Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem be nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko. Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò. Ke eya gblɔ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke. Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme. Ke esi wòse esiawo la, evee ŋutɔ; elabena kesinɔtɔ ŋutɔ wònye. Eye esi Yesu kpɔe la, egblɔ bena: Ale wòsẽ na amesiwo si nu le la be, wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la me enye esi. Elabena ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee. Ke amesiwo see la, gblɔ bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã? Eye wògblɔ bena: Nusiwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔe le Mawu gbɔ.

Luka 18:29-30

Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ aƒe alo srɔ̃ alo nɔviŋutsuwo alo dzilawo alo viwo ɖi le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòado kpo teƒeɖoɖo geɖe xɔxɔ awu le ɣeyiɣi sia me kple agbe mavɔ la xɔxɔ le xexe, si lava va la me o.

Luka 23:42-43

Eye wògblɔ bena: Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne eva ɖo wò fiaɖuƒe la me. Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Egbea ke nana Paradiso la me kplim.

Yohanes 1:51

Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Míakpɔ dziƒo nuvo, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam, eye woanɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔvi la dzi.

Yohanes 3:3-6

Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o. Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia? Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye.

Yohanes 3:12-16

Ne megblɔ anyigbadzinuwo ŋutinya na mi, eye miexɔe se o la, aleke lawɔ miaxɔ ase, ne megblɔ dziƒonuwo ŋutinya na mi mahã? Eye amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo. Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ. Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.

Yohanes 3:36

Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.

Yohanes 4:14

ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.

Yohanes 5:24

Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.

Yohanes 5:28-29

Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe: eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.

Yohanes 5:39

Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye;

Yohanes 6:27

Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.

Yohanes 6:40

Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.

Yohanes 6:47

Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔe se la, agbe mavɔ le esi.

Yohanes 6:51

Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.

Yohanes 6:54

Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wonoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.

Yohanes 6:68

Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.

Yohanes 10:28

eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.

Yohanes 11:25-27

Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe; eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Ele esia xɔm le sesema? Egblɔ ne bena: E, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.

Yohanes 12:25

Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui: eye amesi ke léa tu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ.

Yohanes 14:2-3

Fofonye ƒe me la nɔƒe geɖewo li; ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi; elabena meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.

Yohanes 17:1-3

Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò. Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo. Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.

Yohanes 18:36

Yesu ɖo ŋu bena: Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o, nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womãgadem asi na Yudatɔwo o, ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.

Dɔwɔwɔwo 7:49

„Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu; xɔ ka ƒomevi lu ge míala nama? Aƒetɔ la gblɔe, alo afikae nye dzudzɔƒe nama?

Dɔwɔwɔwo 13:48

Eye esi trɔ̃subɔlawo see la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Aƒetɔ ƒe nya la; eye ame alesi nu woɖo ɖi na agbe mavɔ la, xɔe se.

Dɔwɔwɔwo 14:22

hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.

Dɔwɔwɔwo 28:31

eye wòle mawufiaɖuƒe la ƒe gbe ƒã ɖem; eye wòle nu fiãm le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti kple dzideƒo ŋutɔ, eye amea ɖeke mexea mɔ nɛ o.

Romatɔwo 2:7

Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo;

Romatɔwo 5:21

bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.

Romatɔwo 6:22-23

Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ. Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.

Romatɔwo 10:13

Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.

Korintotɔwo I 2:9

Ke abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpo o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.“

Korintotɔwo I 15:42-49

Nenema ke ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã le: Woƒãa nu le gbegblẽ me, eye woafɔe ɖe tsitre le magblẽmagblẽ me; woƒãɛ nu le bubu makpɔmakpɔe me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋutikɔkɔe me: woƒãa nu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋusẽ me. Woƒãa luʋɔŋutilã, eye woafa gbɔgbɔŋutilã ɖe tsitre. Luʋɔŋutilã li, eye gbɔgbɔŋutilã hã li. Nenema ke woŋlɔ ɖi bena: „Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe;“ Adam mamletɔ la zu gbɔgbɔ, si na agbe. Ke menye gbɔgbɔmetɔ enye gbãtɔ o, hafi luʋɔtɔ la boŋ, emegbe la gbɔgbɔmetɔ la. Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la. Alesi ke anyigbadzitɔa le la, nenema ke anyigbadzitɔwo hã le; alesi ke dziƒotɔa le la, nenema ke dziƒotɔwo hã le; eye alesi anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mia ŋu la, nenema ke dziƒotɔa ƒe nɔnɔme hã nanɔ mia ŋu.

Korintotɔwo I 15:50-56

Ke mele esia gblɔm, nɔviwo, bena ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o, eye gbegblẽ mate ŋu anyi magblẽmagblẽ ƒe dome o. Mikpɔ ɖa, mele nya ɣaɣla gblɔm na mi: Mí katã miele alɔ̃ dɔ ge o; gake woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme, kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ miaƒe nɔnɔme. Elabena ele be, nu gbegblẽ sia nado magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia nado makumaku. Ke esime nu gbegblẽ sia lava ɖo magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia lava ɖo makumaku la, ekema nya, si woŋlɔ ɖi la, ava ve me bena: „Womi ku le dziɖuɖu me.“ Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsieƒe, afika wò dziɖuɖu la le? Elabena ku ƒe ti enye nuvɔ̃, ke nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la.

Korintotɔwo 4:17-18

Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí, esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.

Korintotɔwo 5:1-2

Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la. Elabena esia me mieŋena le hã, eye wòle mía dzrom bena, woatsɔ mía nɔƒe, si tso dziƒo la, ado na mí;

Korintotɔwo 5:8

Ke dzi le mia ƒo, eye wòdze mia ŋu wu be, míadzo le ŋutilã me, eye miana aƒe le Aƒetɔ la gbɔ.

Korintotɔwo 12:2-4

Menya amea ɖe le Kristo me, ano ƒe wuiene enye esi — eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae — wotsɔ nenem me sia dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke. Eye menya nenem me sia — eɖanɔ ŋutilã me o, meɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae, — bena wotsɔe dzoe yi ɖe Paradiso la me, eye wòse nya, siwo mele ne woagblɔ o, siwo womeɖe mɔ na ame, bene wòagblɔ o la.

Galatiatɔwo 6:7-8

Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.

Efesotɔwo 1:3

Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,

Efesotɔwo 2:19

Eyata azɔ míeganye ame tutɔwo kple amedzrowo o, ke boŋ míenye ame kɔkɔewo ƒe hadumeviwo kple Mawu ƒe aƒemetɔwo,

Filipitɔwo 1:21-23

Elabena nye la Kristo enye agbe nam, eye ku enye viɖe nam. Ke ne nye agbenɔnɔ le ŋutilã me na nye dɔwɔwɔ tsea ku la, nyemenya nusi matia le eme o. Elabena mexaxa ɖe nusiawo kpakple eve dome: Ele dzroyem be, madzo ayi aɖana Kristo gbɔ, elabena esia nyo wu sã;

Filipitɔwo 3:20-21

Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso, amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.

Kolosetɔwo 1:13

amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me,

Kolosetɔwo 3:2

Mitsɔ miaƒe tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu, menye anyigbadzinuwo ŋu o.

Tesalonikatɔwo I 2:12

eye míeɖi ɖase na mi be, miazɔ bena mianye ame dzedzewo na Mawu, amesi yɔ mi va ye ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe kple ŋutikɔkɔe gbɔ la.

Tesalonikatɔwo II 1:7

eye mi amesiwo kpo xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me

Timoteo I 1:16-17

Ke esia ŋuti wokpɔ nublanui nam, bena Yesu Kristo naɖe eƒe dzigbɔgbɔɖi blewu katã afia le menye gbã, bene wòanye kpɔɖeŋu na amesiwo katã le edzi xɔ ge ase hena agbe mava la. Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.

Timoteo I 4:8

Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.

Timoteo I 6:7

Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atso naneke ayii hã o;

Timoteo I 6:12

Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, eye nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖaseɖila geɖewo ƒe ŋku me la dzi.

Timoteo I 6:18-19

bene woawɔ dɔmenyo, eye woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede, eye woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.

Timoteo II 1:10

Ke azɔ la woɖee fia to mía xɔla Kristo Yesu ƒe dodo me, amesi ɖe ku ɖa, eye wòhe agbe kple magblẽmagblẽ ɖe go va kekeli nu to nyanyuie la me,

Timoteo II 4:18

Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.

Tito 1:2

ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;

Tito 3:7

bena mí amesiwo wotso afia na to eƒe amenuveve me la, míazu agbe mavɔ ƒe domenyilawo le nukpɔkpɔ la nu.

Hebritɔwo 1:8

ke egblɔ le Via ŋuti bena: „Mawu, wò fiazikpui nɔa anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, fiatikplɔ dzɔdzɔe enye wò fiaɖuɖu ƒe fiatikplɔ.

Hebritɔwo 4:9

Eyaŋuti Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la.

Hebritɔwo 5:9

eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,

Hebritɔwo 9:23-24

Eyata ele vevie bena, woatsɔ nusiawo akɔ nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu la ŋuti; ke dziƒonuawo ŋutɔ la wotsɔ vɔsasa, siwo nyo wu esiawo la, ko wo ŋuti. Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;

Hebritɔwo 11:16

Ke azɔ la denyigba, si nyo wu la, le wo dzrom, esia nye dziƒo tɔ. Eyata ŋu mekpe Mawu le wo ŋuti be, wòyɔe be woƒe Mawu o; elabena edzra du ɖo na wo.

Hebritɔwo 12:22-23

Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,

Hebritɔwo 13:14

Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim.

Petro I 1:4

hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mi,

Petro I 3:22

amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.

Petro II 1:10-11

Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o. Elabena le ale mɔ sia dzi woana gege ɖe mía Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me nu wòasɔ gbɔ fũ.

Petro II 3:13

Ke miele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.

Yohanes I 1:1-2

Nusi li tso gɔmedzedzea me, nusi miese, nusi míekpɔ kple míaƒe ŋkuwo, nusi míekpɔ kɔte, eye míeƒo asii kpɔ, le agbenya la ŋuti — elabena agbe la da, eye míekpɔe, eye míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbe ƒã agbe mava, si le Fofoa gbɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe go fia mí la fia mi —

Yohanes I 2:17

Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.

Yohanes I 2:25

Eye ŋugbedodo, si eya ŋutɔ ɖo na mí la, eya nye agbe mavɔ la.

Yohanes I 3:2

Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.

Yohanes I 5:11-13

Eye ɖaseɖiɖi la enye si bena, Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe sia le Via me. Amesi si Vi la le la, agbe le esi; eye amesi si Mawu ƒe Vi la mele o la, agbe mele esi o. Nusiawo meŋlɔ na mi amesiwo xɔa Mawuvi la ƒe ŋkɔa dzi sena la, bena miadze sii be, agbe mavɔ le mia si.

Yohanes I 5:20

Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.

Yuda 1:21

eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la bena agbe mavɔ.

Nyaɖeɖefia 2:7

Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.

Nyaɖeɖefia 3:5

Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.

Nyaɖeɖefia 3:21

Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.

Nyaɖeɖefia 4:1-4

Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò. Eye enumake menɔ gbɔgbɔ la me, eye kpɔ ɖa, wodo fiazikpui anyi de dziƒo, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye amesi bɔbɔ nɔ edzi la ŋuti le abe yaspis-kpe kple sardis-kpe ene, eye anyieʋɔ, si ŋuti le abe smaragd-kpe ene la, ƒo xlã fiazikpui la. Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.

Nyaɖeɖefia 4:5-8

Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo; eye atsiaƒu, si me ka abe kristalo lãlɛ ene la, le fiazikpui la ŋgɔ, eye nu gbagbe ene, siwo ŋgɔgbe kple megbe yɔ fũ kple ŋkuwo la, le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la hã. Eye nu gbagbe gbãtɔ le abe dzata ene, eye nu gbagbe evelia le abe nyitsu ene, eye nu gbagbe etɔ̃lia ƒe mo le abe ame ƒe mo ene, eye nu gbagbe enelia le abe hɔ̃, si le dzodzom ene. Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la!

Nyaɖeɖefia 4:9-11

Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena: Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.

Nyaɖeɖefia 5:10-11

eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi. Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo,

Nyaɖeɖefia 7:9-12

Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi, eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ! Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena: Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.

Nyaɖeɖefia 7:15-17

Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome. Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o; elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.

Nyaɖeɖefia 11:19

Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.

Nyaɖeɖefia 12:7-8

Eye aʋa dzo le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o.

Nyaɖeɖefia 19:9

Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.

Nyaɖeɖefia 20:11

Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.

Nyaɖeɖefia 21:1-4

Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o. Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene. Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.

Nyaɖeɖefia 21:5-9

Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo. Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa. Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye. Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia. Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adre, siwo yɔ fũ kple fuwɔame mamletɔ adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka va, eye wòƒo nu kplim gblɔ bena: Va abi, ne mafia ŋugbetɔ, si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò!

Nyaɖeɖefia 21:10-14

Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam, esi ŋu Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le; eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔa ɖe ene, hele abe yaspis-kpe, si me kɔ abe kristalo ene; gli kɔkɔ gãa ɖe le eŋu; agbo wuieve le eŋu, eye mawudɔla wuieve le agboawo tame, eye woŋlɔ ŋkɔ, siwo nye Israel-viwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo la, ɖe wo ŋuti. Ɣedzeƒe gome la agbo etɔ̃ li, eye anyiehe gome la agbo etɔ̃ li, dziehe gome la agbo etɔ̃ li, eye ɣetoɖoƒe gome la agbo etɔ̃ li. Gɔmeɖoɖo wuieve li na dua ƒe gli la, eye Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu.

Nyaɖeɖefia 21:15-21

Eye amesi le nu ƒom kplim la, lé sikadzidzeti ɖe asi, be yeadzidze du le kple eƒe agboawo kpakple eƒe gli la. Eye du la le dzogoe ene me, eye eƒe didime le abe eƒe kekeme ene; eye wòdzidze du la kple dzidzeti la, wòle stadio akpe wuieve: eƒe didime kple kekeme kple kɔkɔme wosɔ. Eye wodzidze du la wòle abɔklugui alafa ɖeka kple blane vɔ ene le amewo ƒe dzidzenu, si le mawudɔla si la nu. Eye nusi wotsɔ ɖo glia la, enye yaspis-kpe, eye du la nye sika dzadzɛ hele abe ahũhɔ̃e dzadzɛ ene. Eye wotsɔ kpe xɔasi bubu ƒomeviwo katã wɔ leke na dua ƒe gli la ƒe gɔmeɖoɖoawo. Gɔmeɖokpe gbãtɔ nye yaspis, evelia nye safir, etɔ̃lia nye xalkedon, enelia nye smaragd, atɔ̃lia nye sardonik, adelia nye sardis, adrelia nye krisolit, enyilia nye beril, asiekelia nye topas, ewolia nye krisopras, wuiɖekɛlia nye hiakint, wuievelia nye ametist. Eye agbo wuieveawo nye adzagba wuieve, agboawo dome ɖesiaɖe nye adzagba ɖeka; eye dua ƒe ablɔ nye sika dzadzɛ abe ahũhɔ̃e, si me wokpɔa nu tonɛ la ene.

Nyaɖeɖefia 21:22-27

Eye nyemekpo gbedoxɔa ɖeke le eme o; elabena Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, kple Alẽvi la wonye eƒe gbedoxɔ. Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi. Eye dukɔwo azɔ eƒe kekeli me, eye anyigba dzi fiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ ava emee. Eye womatu eƒe agbowo le ŋkeke me o; elabena zã mado le afima o, eye woatsɔ dukɔwo ƒe atsyɔ̃ kple bubu ava emee. Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.

Nyaɖeɖefia 22:1-5

Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam. Eye ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi la agbeti ti, si tsea ku wuieve, eye wotsena le ɣleti sia ɣleti, eye atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo. Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe, eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu. Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Nyaɖeɖefia 22:14

Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.

Nyaɖeɖefia 22:17

Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net