16 – Nuɖuɖu si Wotsɔ Sa vɔe Na Trɔ̃wo

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Nuɖuɖu si Wotsɔ Sa vɔe Na Trɔ̃wo.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Korintotɔwo I 10:20-22

Hafi boŋ mele gbɔgblɔm bena, nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o; ke nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o. Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?

Korintotɔwo I 8:10-13

Ke nenye amea ɖe kpɔ wò amesi si sidzedze le la, nèbɔbɔ nɔ trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, menye ɖee ma nède dzi ƒo na amesi gbɔdzɔ la ƒe dzitsinya, bene wòaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsawo o mahã? Eye nɔvi, si gbɔdzɔ, amesi ta Kristo ku ɖo la, atsrɔ̃ le wò sidzedze la ŋuti. Ke ne miewɔ nuvɔ̃ ɖe mia nɔviwo ŋuti ale, eye miede abi woƒe dzitsinya, si gbɔdzɔ ŋuti la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Kristo ŋuti. Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagana nɔvinye nu o.

Nyaɖeɖefia 2:20

Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 67 kpukpuiwo

Mose I 35:2

Tete Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple amesiwo katã le egbɔ la, bena: Miɖe dzromawu, siwo le mia dome la da, miklɔ mia ɖokui ŋuti, eye miɖɔ li miaƒe awuwo,

Mose II 20:3-5

Mawu bubua ɖeke megunɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;

Mose II 23:13

Midzra nya sia nya, si megblɔ na mi la ɖo. Migaɖu mawu bubuwo ƒe tame o, eye womagase woƒe ŋkɔ hã le nua nu o.

Mose II 34:13-16

Ke boŋ mímu woƒe vɔsamlekpuiwo, migbã woƒe legbawo, eye milã woƒe Aseratiwo ƒu anyi. Megade ta agu na mawu bubuwo o, elabena Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla. Megabla nu kple anyigbadzitɔwo gbeɖegbeɖe o; elabena ne wole woƒe mawunuwo wɔm, eye wosa vo na woƒe mawuwo la, ekema woayɔ wò, be nava du woƒe vɔsanuawo, eye naɖe woƒe vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo; eye ne woƒe vinyɔnuwo le woƒe mawunuwo wɔm la, ekema woana be, viwòŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuwo.

Mose III 19:4

Migayi legbawo gbɔ o, eye migakɔ mawuwo na mia ɖokui o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Mose V 5:7-9

Mawu bubua ɖeke megana asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò ɖe nusiwo le dziƒo afime kple anyigba dzi afi kpakple tsiwo me le anyigba dzi la, ƒe nɔnɔme ŋu o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;

Mose V 7:2-5

eye Yehowa, wò Mawu, tso wo de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema, natsrɔ̃ wo gbidigbidi, megabla nu kpli wo o, eye megave wo nu o. Megado ƒome kpli wo, ne natsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o; elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatsrɔ̃ mi amloamlo. Ke boŋ ale miawɔ wo enye si; Mimũ woƒe vɔsamlekpuiwo, eye migbã woƒe legbawo, milé woƒe Asera-tiwo ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo.

Mose V 7:25-26

Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la. Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.

Mose V 8:19-20

Ke ne èŋlɔ Yehowa, wò Mawu la be, eye nèdze mawu bubuwo yome hesubɔ wo, eye nède ta agu na wo la, ekema meka ɖe dzi na mi egbea be, miatsrɔ̃ avɔ kokoko; miatsrɔ̃ abe dukɔ, siwo Yehowa be, yeatsrɔ̃ ɖa le mia ŋgɔ la ene, le esi mieɖo to Yehowa, mia Mawu, ƒe gbe o la ta!

Mose V 12:32

Milé nusiwo katã ŋuti mede se na mi le la me ɖe asi, eye miwo wo dzi; migatsɔ ɖeke kpee o, eye migaɖe ɖeke le edzi o.

Mose V 32:16-17

Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ. Wosa vɔ na trɔ, siwo menye mawuwo o, kple mawu, siwo womenya o, kpakple nu yeye, siwo meli tsã o, nusiwo ŋu mia fofowo medzi ŋɔ le o.

Samuel I 15:22-23

Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o.

Fiawo II 10:26-27

eye woɖe legbawo tso Baal ƒe xɔa me heta dzo wo. Wogbã Baal ƒe legba la, eye wogbã Baal ƒe xɔ la hetsɔe ɖo kpɔxadeƒee vaseɖe egbe.

Kronika I 16:25-26

Elabena Yehowa lolo, edze kafukafu ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye legbawo, ke Yehowa wo dziƒo.

Kronika II 28:23

Esa vo na Damaskotɔ, siwo sii la ƒe mawuwo gblɔ bena: Esi Aram-fiawo ƒe mawuwo kpe ɖe wo ŋu la, eyata nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye! Ke wòtrɔ zu mɔ̃ na eya kple Israel blibo la.

Psalmowo 96:4-5

Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo kalã ta. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo.

Psalmowo 115:4-8

Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. Nu li na wowomeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o; ŋɔti li na wo, womeʋẽa nu sena o; asi li na wo, wometea nu kpɔna o; afɔ li na wo, womezɔa azɔli o, eye womeƒoa nu toa ve me o. Amesiwo wɔa wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, sɔ kpli wo.

Psalmowo 135:15-18

Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. Nu li na wo, womeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o; eye gbɔgbɔa ɖeke hã mele woƒe nu me o. Amesiwo wɔ wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, di woamawo.

Yesaya 31:7

Elabena le ɣemaɣi la wo dome amesiame anyɔ ŋu eƒe klosalolegba kple sikalegba, siwo eƒe asiwò wo na eɖokui hena nuvɔ̃wɔwɔ la.

Yesaya 37:19

eye wotsɔ woƒe mawuwo ɖe dzo me, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwoe, ati kple kpe wonye, eyata wotsrɔ̃ wo ɖo.

Yesaya 42:8

Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.

Yesaya 42:17

Amesiwo ɖoa dzi ɖe aklama kpakpɛwo ŋu, eye wogblɔna na legbawo be: Miawoe nye míaƒe mawuwo la, woate gbugbɔ ɖe megbee, eye ŋu akpe wo vevie.

Yeremya 1:16

Eye madrɔ̃ ʋɔnu kpli wo le woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã ta, le esi wogblẽna ɖi eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, eye wode ta agu na woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋuti.

Yeremya 7:18-20

Viwo le nake fɔm, fofowo le dzo dom, eye nyɔnuwo le amɔwɔ blum, ne woatsɔ tɔ tatali na dziƒofianyɔnu, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo, ne woatsɔ do dziku nam. Yehowa be: Nyee wole dziku dom na loo? Woawo ŋutɔwo boŋ ƒe moe wole ŋukpe demi. Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Kpɔ ɖa, nye dɔmedzoe kple nye dziku atrɔ akɔ ɖe teƒe sia, amegbetɔwo kple lãwo, gbemetiwo kple anyigba dzi kutsetsewo dzi, eye woabi, womatsii o.

Yeremya 10:14-15

Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunyanya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o. Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la, wonye, woatsrɔ̃ le woƒe tohegbe.

Yeremya 19:3-4

Eye nagblɔ na wo bena: Mi Yuda-fiawo kple mi Yerusalemtɔwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia dzi, eye amesiwo katã see la ƒe tome laɖi yeŋ; elabena wogblẽm ɖi, eye wodo gu teƒe sia, wodo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo woawo kple wo fofowo kpakple Yuda-fiawo menya o la, le afima, eye wotso ame maɖifɔwo ƒe ʋu ya teƒe sia taŋ;

Yeremya 19:13

Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.

Yeremya 44:15-19

Tete ŋutsu, siwo katã nyae be, yewo srɔ̃wo do dzudzɔ na mawu tutɔwo, kple nyɔnu, siwo katã le tsitre le ha gã me, kpakple dukɔ blibo, si le Egipte-nyigba dzi kple Patros la, ɖo ŋu na Yeremya bena: Nya, si negblɔ na mí le Yehowa ƒe ŋkɔ me la, miele to ɖo ge wò o; ke boŋ miawɔ ɖe nya sia nya, si do tso mía nu la nu, míado dzudzɔ na dziƒo fianyɔnu, eye miaƒo tsi ɖe anyi nɛ, abe alesi mia kple mía fofowo, míaƒe fiawo kple míaƒe amegãwo míenɔa wɔwɔm le Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, eye míekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo, eme nyona na mí, eye míekpɔa dzɔgbevɔ̃ea ɖeke kple ŋku o la ene. Ke esi míedzudzɔ dzudzɔdodo na dziƒo fianyɔnu kple tsi ƒoƒoɖeanyi nɛ la, nusianu ƒe hiã tu mí, eye yi kple dɔwuame tsrɔ̃ mí. Eye ne míedo dzudzɔ na dziƒo fianyɔnu heƒo tsi ɖe anyi nɛ la, ɖe mía srɔ̃wo megbe míetona tɔa tatali ɖe eƒe nɔnɔme, eye míeƒoa tsi ɖe anyi nɛa?

Yeremya 44:22-23

Eye esi etsɔtsɔ ti Yehowa, le miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo kple miaƒe ŋunyɔnu, siwo miewɔ ta la, eyata miaƒe anyigba zu aƒedo, gbegbe kple ɖiŋudonu, eye ame vɔ le edzi, abe alesi wòle egbe siawo ene! Esi miedo dzudzɔ, eye miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, miese Yehowa ƒe gbe o, eye miezɔ ɖe eƒe seawo, ɖoɖoawo kple ɖaseɖiɖiawo nu o la, eyata dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe alesi wòle egbe siawo ene.

Yeremya 51:17-18

Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o. Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la wonye; woatsrɔ̃ le gbesigbe woahe to na wo.

Daniel 5:23

Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.

Hosea 8:4

Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.

Hosea 11:2

Wova wo, ke wotrɔ ʋume ɖe ame: Wosa vɔ na Baalwo, eye wodo dzudzɔ na legbawo.

XABAKUK 2:18

Viɖe ka nye aklama kpakpɛ be, ekpala kpae, eye viɖe ka nye legba kɔkɔ kple alakpanufiala be, legbamela le dzi ɖom ɖe eƒe legba ŋu, esi wòwɔ legba maƒonuwo?

Mateo 5:17-19

Migabu xa bena, meva se la alo nyagblɔlawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ wo nu wu ge meva. Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o. Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.

Marko 7:18-19

Eye wògblɔ na wo bena: Ale miawo hã mienye ame masenugɔmewoe nye esi mahã? Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si tsoa gota yina ɖe ame me la, mate ŋu aƒo ɖii o; elabena menye eƒe dzi me wòyina ɖo o, hafi boŋ eƒe dɔ me wòyina ɖo, eye wòɖadena ɖe kpɔxa, le esia me nuɖuɖuawo katã ŋuti kɔna lena o mahã?

Luka 16:10

Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi woa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wola le nu geɖewo hã me.

Luka 16:13

Dɔlaa ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigbadzinuwo o.

Dɔwɔwɔwo 14:13-15

Tete la Yupiter, si le dua xa la, ƒe nunɔla tsɔ nyitsu kple seƒoƒotsihewo va agboa nu, eye wòle ɖidim bena, ye kple amehawo yewoasa vɔ. Ke esi apostoloawo, Barnaba kple Paulo, see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ɖo ameha la me hele ɣli dom, le gbɔgblɔm bena: Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;

Dɔwɔwɔwo 15:20

ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.

Dɔwɔwɔwo 15:28-29

Elabena enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple miawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!

Dɔwɔwɔwo 17:16

Ke esi Paulo le mɔ kpɔm na wo le Atene la, eƒe gbɔgbɔ bi azi le eme, esi wòkpɔ dua me yɔ fũ kple legbawo.

Dɔwɔwɔwo 17:29-31

Azã esi míenye Mawu ƒe dzidzime la, medze bena, míasusu be, mawunyenye la ele abe sika alo klosalo alo kpe, si wodze le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la ene o. Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me; elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.

Dɔwɔwɔwo 21:25-26

Ke trɔ̃subɔla, siwo xɔ se la, ŋutie mieŋlɔ, eye mieɖo le bena, woatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋume kpakple ahasiwɔwɔ. Tete esi ŋu ke la, Paulo ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi wòkɔ eɖokui ŋuti kpli wo la, eyi ɖe mawuxɔ la me hele ŋutikɔkɔ ŋkekeawo ƒe nuwuwu gblɔm fia wo, vaseɖe esime woamè nu ɖe wo dome amesiame ta.

Romatɔwo 1:22-23

Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo, eye woɖɔ li Mawu magblẽmagblẽ la ƒe ŋutikɔkɔe la, bene wòaɖi ame gbegblẽ kple xeviwo kple lãfɔnewo kple nutatawo ƒe nɔnɔme.

Romatɔwo 14:1-2

Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o. Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna.

Korintotɔwo I 6:19-20

Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa? Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu!

Korintotɔwo I 8:1-3

Ke le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ŋuti la mienyae bena, sidzedze li na mi katã. Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame. Ne amea ɖe susu bena, yedze si nane la, ekema medze si alesi wòdze be, wòadze sii la haɖe o. Ke ne amea ɖe lã Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.

Korintotɔwo I 8:4-6

Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li. Ke nenye nusiwo woyɔna be mawuwo li hã, eɖanye le dziƒo alo anyigba dzi o, abe alesi mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li ene la; gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi.

Korintotɔwo I 8:7-13

Ke menye amewo katã mee sidzedze sia le o; ke amea ɖewo li, siwo ƒe tamesusuwo gale trɔ ŋuti vaseɖe egbegbe sia, eye woɖunɛ abe trɔ̃wo ƒe vɔsa ene, eye esi woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ŋuti la, eyata woƒo ɖii. Ke nuɖuɖu mawɔ mi bubu le Mawu ƒe ŋku me o, elabena nenye be, míeɖua nu la, míezua gã wu o, eye nenye be, míeɖua nu o la, míezua sue wu o. Ke mikpɔ nyuie, bena miaƒe ŋusẽ nagazu nukikli na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo o. Ke nenye amea ɖe kpɔ wò amesi si sidzedze le la, nèbɔbɔ nɔ trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, menye ɖee ma nède dzi ƒo na amesi gbɔdzɔ la ƒe dzitsinya, bene wòaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsawo o mahã? Eye nɔvi, si gbɔdzɔ, amesi ta Kristo ku ɖo la, atsrɔ̃ le wò sidzedze la ŋuti. Ke ne miewɔ nuvɔ̃ ɖe mia nɔviwo ŋuti ale, eye miede abi woƒe dzitsinya, si gbɔdzɔ ŋuti la, ekema miewɔ nuvɔ̃ ɖe Kristo ŋuti. Eyata ne nuɖuɖu ɖia nɔvinye nu la, ekema nyemele lã ɖu ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, bene nyemagana nɔvinye nu o.

Korintotɔwo I 10:14-15

Eyata, nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu! Nunyalawo mele egblɔm na — mibu nusi gblɔm mele la me kpɔ:

Korintotɔwo I 10:18-22

Mikpɔ ŋutilãnu Israel ɖa! Menye amesiwo ɖua vɔsawo la, nye vɔsamlekpui la ƒe hadelawo oa? Azɔ la, nuka gblɔm mele? Ɖe mebena, trɔ̃ enye nu loo, alo trɔ̃ ƒe vɔsasa enye nua? Hafi boŋ mele gbɔgblɔm bena, nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o; ke nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o. Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?

Korintotɔwo I 10:23-30

Woɖe nuwo katã ƒe mo na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o. Amea ɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu ta la boŋ. Nusianu, si wodzrana le lãƒleƒe la, miɖui faa, eye migabia eta se le dzitsinya ŋuti o. Elabena anyigba la kple nusiwo katã yɔ edzi la, nye Aƒetɔ la tɔ. Ke ne dzimaxɔsetɔwo dome amea ɖe kpe mi, eye mielɔ̃ be, yewoayi la, miɖu nusianu, si wotsɔ ɖo mia kɔme la, eye migabia eta se o le dzitsinya ŋuti. Ke ne amea ɖe gblɔ na mi bena; Trɔ̃wo ƒe vɔsa nye esi la, ekema migaɖui le amesi gblɔe fia mi la kple dzitsinya la ŋuti o. Ke menye mia ŋutɔwo ƒe dzitsinyae mewɔnɛ o, ke ame keme to boŋ; elabena nukaŋuti ame bubu ƒe dzitsinya adrɔ̃ ʋɔnu nye ablɔɖenyenye ma? Ne metsɔ akpedada ɖu nu la, nukaŋuti woagblɔ busunya ɖe ŋutinye le nusi ta meda akpe ɖo la ŋuti mahã?

Korintotɔwo I 10:31-33

Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu, Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o; abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.

Korintotɔwo 6:14-17

Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa? Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ. Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,

Kolosetɔwo 2:16-17

Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o. Esiawo nye nusiwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va.

Kolosetɔwo 2:20-23

Ne mia kple Kristo mieku na xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo la, ekema nukaŋuti miena wogale se dem na mi abe ɖe miegale agbe le xexeame ene bena: „Megalée ɖe asi o! Megaɖɔe kpɔ o! Megaka asi eŋu o! nusiwo katã le gbegblẽ ge to wo ŋutidɔwɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu la mahã? Nusiawo tɔgbe xɔ nunya ƒe ŋkɔ le subɔsubɔ, si woa ŋutɔwo tia kple ɖokuibɔbɔɖeanyi kpakple ŋutilã ƒe fuwɔwɔ mè; menye le bubunua ɖeke me o, ke boŋ hena ŋutilã ƒe ƒoɖiɖi.

Tesalonikatɔwo I 1:9

elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la,

Timoteo I 4:1-5

Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me, amesiwo wotsɔ ga xɔdzo ɖe dzesi wo le woa ŋutɔwo ƒe dzitsinya me, amesiwo xea mɔ na srɔ̃ɖeɖe, eye wogblɔna be, woatsri nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ, bena amesiwo xɔe se, eye wodze si nyateƒe la, naɖu kple akpedada la. Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã nyo, eye womatsri naneke o, nenye be, woxɔe kple akpedada; elabena wokɔ eŋuti to Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa me.

Yakobo 1:22-24

Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o! Elabena ne amea ɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsua ɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmeme le ahũhɔ̃e me. Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be.

Yohanes I 3:4

Amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, edaa se hã dzi, eye nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ.

Yohanes I 5:21

Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!

Yohanes II 1:9-11

Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.

Nyaɖeɖefia 2:14

Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.

Nyaɖeɖefia 2:20-23

Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo. Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o. Kpɔ ɖa, matsɔe aƒu aba dzi, eye amesiwo wɔ ahasi kpakplii la, ne wometrɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me o la, matsɔ wo aƒu xaxa gãa ɖe me? eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.

Nyaɖeɖefia 9:20

Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o.

Nyaɖeɖefia 21:8

Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net