17 – Aʋatsosubɔsubɔhawo
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Aʋatsosubɔsubɔhawo.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Aʋatsosubɔsubɔhawo.
Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. Nu li na wowomeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o; ŋɔti li na wo, womeʋẽa nu sena o; asi li na wo, wometea nu kpɔna o; afɔ li na wo, womezɔa azɔli o, eye womeƒoa nu toa ve me o. Amesiwo wɔa wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, sɔ kpli wo.
”Mawu bubua ɖeke megunɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;
”Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe nye ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ la, ekema woawu wo; woaƒu kpewo woaku, elabena woa ŋutɔwoe de hlɔ̃fe.
”Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã?
”Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o! Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa. Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ ɖeka wonye, eye gbe ɖeka le wo katã nu, eye esia nye woƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ko; azɔ nusianu, si dim wole be, woawɔ la, womado kpoe o. Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o! Eye Yehowa na bena, wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi, eye wodzudzɔ ɖu la tsotso. Eyata woyɔnɛ bena Babel, le esi Yehowa tɔtɔ amegbetɔwo katã ƒe gbe le afima, eye Yehowa na wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi ta.
”Yehowa ƒe dɔla la gagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Ismael; elabena Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti Awɔ nu abe lu ene, akɔ asi dzi ɖe amesiame ŋu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe eya hã ŋu, eye wòatigi nɔvia wo katã ɖo.
”Eye Abraham gblɔ na Mawu bena: Ismael netsi agbe na wò ko! Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee. Ke le Ismael to gome la, mese wò nyawo. Kpɔ ɖa, mayrae, eye mana wòadzi, eye wòasɔ gbɔ ɖe dzi. Adzi fia wuieve, eye mawɔe wòazu dukɔ gãa ɖe. Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la.
”Gbemagbe tututu Abraham tso via Ismael kple amesiwo katã wodzi le eƒe me, kple eƒe kluviwo, ŋutsu sia ŋutsu, si le Abraham ƒe me la ƒe aʋanuyiwo ɖa, abe alesi Mawu gblɔ nɛ ene.
”Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Aron tsɔ eƒe atikplɔ da ɖe Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, eye wòtrɔ zu da gãa ɖe. Ke Farao hã yɔ nunyalawo kple afakalawo vɛ, eye Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenemake. Wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe atikplɔ ɖa ɖe anyi, tete wotrɔ zu da gãwo; ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. Gake Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.
”Ke Egipte-tɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe ave me nuwɔwɔwo wɔe nenema ke. Eye Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o abe alesi Yehowa gblɔ ene.
”Tete Aron do eƒe asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tɔwo dzi, eye akpɔkplɔwo do hexɔ Egipte-nyigba la dzi. Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.
”Eye wòwɔ nenema Aron do eƒe asi kple atikplɔ ɖa, eye wòƒo ke me le anyigba dzi. Tete mũwo do ɖe amewo kple lãwo ŋu; ke, siwo katã le anyigba dzi la, trɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Eye afakalawo hã tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenema, be woahe mũwo vɛ, ke womete ŋui o. Eye mũawo nɔ amewo kple lãwo ŋu. Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.
”Ke afakalawo mete ŋu no te ɖe Mose nu o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te afakalawo hã abe Egiptetɔwo katã ene.
”Mawu bubua ɖeke megunɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;
”Migawɔ mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋunye o; migawɔ ɖeke o, eɖanye klosalolegba alo sikalegba o.
”Megana nyɔnu dzotɔwo nanɔ agbe o.
”Amesi sa vɔ na mawu bubu wo, eye menye Yehowa ɖeɖe ko o la, woadɔ busui.
”Midzra nya sia nya, si megblɔ na mi la ɖo. Migaɖu mawu bubuwo ƒe tame o, eye womagase woƒe ŋkɔ hã le nua nu o.
”Esi dukɔ la kpɔ bena: Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la, dukɔ la ƒo ƒu ɖe Aron ŋu, eye wogblɔ nɛ bena: Netsɔ, wɔ mawu na mí, si azɔ mía ŋgɔ; elabena Mose, ŋutsu ma, si kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi gɔ̃ wɔe o. Aron gblɔ na wo bena: Miɖe sikatɔgɛ, siwo le mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo ƒe towo, eye mitsɔ wo vɛ nam. Tete dukɔ blibo la ɖe sikatogɛ, siwo le woƒe towo, eye wotsɔ wo vɛ na Aron. Eye wòxɔ wo le wo si, eye wotsɔ pɛ wɔ nyivi ƒe nɔnɔme, eye wòkɔe. Tete wogblɔ bena: Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.
”Wote ɖa enumake le mɔ, si meɖo na wo la dzi, wokɔ nyivi na wo ɖokui, eye wode ta agu nɛ hesa vɔ nɛ gblɔ bena: Israel, esia enye wò mawu, si kplɔ wo tso Egipte-nyigba la dzi. Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mekpɔ bena, dukɔ sia la dukɔ kɔ lialiatɔ wònye. Eyata na nye dɔmedzoe nabi ɖe wò ŋu, be matsrɔ̃ wo, eye mawɔ wò natrɔ zu dukɔ gãa ɖe.
”Eye Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ bena: Ao, taflatse, dukɔ sia wɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, elabena wotsɔ sika wɔ mawui na wo ɖokui.
”Ke boŋ mímu woƒe vɔsamlekpuiwo, migbã woƒe legbawo, eye milã woƒe Aseratiwo ƒu anyi. Megade ta agu na mawu bubuwo o, elabena Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla. Megabla nu kple anyigbadzitɔwo gbeɖegbeɖe o; elabena ne wole woƒe mawunuwo wɔm, eye wosa vo na woƒe mawuwo la, ekema woayɔ wò, be nava du woƒe vɔsanuawo, eye naɖe woƒe vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo; eye ne woƒe vinyɔnuwo le woƒe mawunuwo wɔm la, ekema woana be, viwòŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuwo. Megake mawu na ɖokuiwò o!
”Womegatsɔ woƒe lãwo sa vɔ na azizã, siwo wosubɔna la o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na wo kple woƒe dzidzimeviwo.
”Migayi legbawo gbɔ o, eye migakɔ mawuwo na mia ɖokui o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!
”Migaɖu nusi me ʋu le o. Migaka afã o, eye migasa dzo o.
”Ne ame ku la, migasi blini ɖe ŋuti o, eye migatá nu ɖe ŋuti hã o. Nyee nye Yehowa!
”Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu le bokɔnɔwo gbɔ o, bena miagaƒo ɖi o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!
”Gblɔ na Israel-viwo be: Ne Israel-viwo dometɔa ɖe alo amedzro, si le Israel la, tsɔ via na Molex la, woawui, anyigbadzitɔwo naƒu kpee woaku. Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.
”Ne amea ɖe yi ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ, eye wòdze wo yome la, maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.
”Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe nye ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ la, ekema woawu wo; woaƒu kpewo woaku, elabena woa ŋutɔwoe de hlɔ̃fe.
”Migawɔ legba na mia ɖokui o, migawɔ aklama kpakpɛ alo aƒeli na mia ɖokui o, eye migatsɔ kpe kpa nɔnɔme aɖo miaƒe anyigba dzi, be miaɖe ta agu nɛ o; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.
”Magbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye matutu miaƒe ɣelegbawo aƒu anyi, malɔ miaƒe ame kukuwo atrɔ ɖe miaƒe legba gbagbãwo dzi, eye miazu ŋunyɔnu nam.
”ekema mianya anyigbadzinɔlawo katã le mia ŋgɔ, eye miagbã woƒe aklama kpakpɛwo katã kple woƒe legbawo katã kpakple woƒe vɔsamlekpuiwo katã.
”Eyata mikpɔ miaƒe agbe ta nyuie, elabena miekpɔ nɔnɔmea ɖeke le gbesigbe Yehowa ƒo nu kpli mi tso dzo me le Xoreb gbɔ la o; ne miagawɔ vɔ ayi legba wɔ ge na mia ɖokui o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔmea ɖeke o; eɖanye anyigba dzi lãfɔne alo xe dzodzoe, si le dziƒoa te la, ƒe nɔnɔme o; eɖanye anyigba dzinu tata alo lã, si le tɔ me le anyigba dzi la, ƒe nɔnɔme o, eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.
”Elabena Yehowa, wò Mawu la, dzo binu kple Mawu ʋãŋu wònye.
”Mawu bubua ɖeke megana asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò ɖe nusiwo le dziƒo afime kple anyigba dzi afi kpakple tsiwo me le anyigba dzi la, ƒe nɔnɔme ŋu o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na vi, siwo léa fum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;
”Migadze dukɔ, siwo ƒo xlã mi la, ƒe mawuwo yome o. Elabena Yehowa, wò Mawu la, ŋuʋã Mawu wònye le dowòme, bena Yehowa magaɖo dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba dzi o.
”Megado ƒome kpli wo, ne natsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o; elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatsrɔ̃ mi amloamlo. Ke boŋ ale miawɔ wo enye si; Mimũ woƒe vɔsamlekpuiwo, eye migbã woƒe legbawo, milé woƒe Asera-tiwo ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo.
”Migblẽ teƒe, siwo katã dukɔ, siwo mienyã la, subɔa woƒe mawuwo le, le to kɔkɔwo kple togbɛwo dzi kpakple ati damawo te. Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo, eye mimu woƒe aƒeliwo, mitɔ dzo woƒe Asera-tiwo, eye migbã woƒe legbawo, eye mitsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le teƒe ma. Migawɔ alea na Yehowa, mia Mawu o,
”ekema kpo nyuie, bena nagadze wo yome aɖo mɔ̃ me o; eye ne wotsrɔ̃ wo le ŋgɔwò megbe la, megabia woƒe mawuwo ta se agblɔ be: alesi dukɔ siawo le woƒe mawuwo subɔme la, nenema nye hã mawo o. Megawɔ alea na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu, siwo katã Yehowa lé fui la, eya wowɔna na woƒe mawuwo; wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.
”Ne nyagblɔɖila alo drɔ̃ekulaa ɖe ɖo mia dome, eye wòbe, yeawɔ dzesi alo nukunua ɖe na mi, eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be, mina miadze mawu bubu, siwo mienyã o yome, eye miasubɔ wo la, ekema migaɖo to nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o, elabena ɖe Yehowa, mia Mawu la, Me mia dom kpɔ, ne yeadze sii be, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me hã?
”Ne nɔviwòŋutsu, si nye dawòvi, viwòŋutsu alo viwònyɔnu, srɔ̃wo, si le gbɔwò, alo xɔwo, si nèlɔ̃na abe ɖokuiwò ene, able nu wò le adzame be: na miayi aɖa subɔ mawu bubu, siwo wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, dukɔ, siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, eɖanye esiwo te ɖe mia ŋu, alo esiwo le adzɔge tso mia gbɔ o, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme la, ekema megalɔ̃ edzi nɛ o, eye megado toe o, eye megave enu ahaɣlae o;
”eye wòyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo, eɖanye ɣe alo ɣleti alo dziƒonuwo katã, nusiwo ŋu nyemeɖe se le o, eye wògblɔe na wò nèse la, ekema ɖi nya la gɔme tsitotsito, eye nenye nyateƒee wowɔ nua, eye wowɔ ŋunyɔnu sia le Israel la, ekema kplɔ ŋutsu alo nyɔnu ma, si wɔ nu vɔ̃ɖi sia la, do go ɖe wò dua godo, eye naƒu kpe ŋutsu alo nyɔnu la woaku.
”Amea ɖeke megana dowòme, si ana woatɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o, eye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukata kple ŋɔliyɔlaa ɖeke meganɔ dowòme o Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, elabena ŋunyɔnu siawo la Yehowa, wò Mawu, le wo nyã ge le ŋgɔwò ɖo.
”Ke ne nyagblɔɖilaa ɖe ɖo eɖokui ɖe dzi, eye wògblɔ nya, siwo nyemegblɔ nɛ o la, le nye ŋkɔ dzi, alo wògblɔ nya le mawu bubuwo ƒe ŋkɔ dzi la, woawu nyagblɔɖila ma.
”Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye adaŋu wɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!
”Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ. Wosa vɔ na trɔ, siwo menye mawuwo o, kple mawu, siwo womenya o, kpakple nu yeye, siwo meli tsã o, nusiwo ŋu mia fofowo medzi ŋɔ le o.
”Wotsɔ mũ maɖimawuwo ɖe ŋuʋaʋã menye, eye wotsɔ woƒe legbawo do dziku nam. Eyata nye hã matsɔ ame maɖidukɔwo ade ŋuʋaʋã wo me, eye matsɔ dukɔ baɖawo ado dziku na wo.
”Ke womeɖo to woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo o, eye wodze mawu bubuwo yome de ta agu na wo, wote ɖa le mɔ, si dzi wo fofowo zɔ heɖo to Yehowa ƒe seawo la dzi, eye womewɔ nenema o.
”Ke ne ʋɔnudrɔ̃la la ku la, ekema wotrɔna, eye wogblẽna de dzi wua wo fofowo, wodzea mawu bubuwo yome, subɔa wo hedea ta agu na wo, eye womedea asi le woƒe nuwɔwɔ kple tamesesẽ ŋu o.
”Eye Israel-viwo yi dzi wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo kple Astarot, Aramtɔwo ƒe mawuwo, Zidontɔwo ƒe mawuwo, Moabtɔwo ƒe mawuwo, Amon-viwo ƒe mawuwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo, ke wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o. Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amon-viwo.
”Eyata Israel-viwo ɖo ɣli yɔ Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, elabena miegblẽ miaƒe Mawu ɖi hesubɔ Baalwo.
”Ke miawo mìegblẽm ɖi hesubɔ mawu bubuwo, eyata nyemegale mia ɖe ge azɔ akpɔ o. Miyi ɖado ɣli yɔ mawu, siwo mieha, ne woaxɔ na mi le miaƒe xaxaɣiwo me! Ke Israel-viwo gblɔ na Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃, eyata wɔ mí, alesi dze ŋuwò; ke ɖe mí fifia ko! Tete woɖe mawu bubuawo ɖa le wo ɖokui dome hesubɔ Yehowa; eyata Israel ƒe fukpekpe la mena wòɖe dzi ɖi o.
”Esi Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, wotsɔe va Dagon ƒe me, eye wodae ɖe Dagon gbɔ. Ke esi Asdodtɔwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wòfɔ Dagon gatsɔ ɖo eteƒe. Esi wogafɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye ta kpakple asibayawo kple eve dudu le Dagon ŋu, eye wòƒo kponogo ɖi. Eyata Dagon ƒe nunɔlawo kple amesiwo katã dea Dagon ƒe me la, megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod vaseɖe egbe o. Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me. Esi Asdodtɔwo kpɔ bena, ale nɔ ge wòala la, wogblɔ bena: Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la meganɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple miaƒe mawu Dagon dzi.
”Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o.
”Samuel ku, eye Israel blibo la fa nɛ, eye woɖii ɖe Rama, eƒe du la me. Ke Saul nyã ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le anyigba la dzi.
”Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Midi nyɔnua ɖe, si me ŋɔliyɔgbɔgbɔ le la nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase. Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nyɔnu ŋɔliyɔlaa ɖe le En-Dor. Tete Saul trɔ eƒe nɔnɔme hedo awu bubuwo, eye eya kple ŋutsu eve woyi heva nyɔnu la gbɔ le zã me. Eye wògblɔ bena: Ka nu, ne nayɔ ŋɔli nam, eye nakplɔ amesi mayɔ na wò la vɛ nam! Nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò ŋuta ènya nusi Saul wo, eye wotsrɔ̃ ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le anyigba la dzi. Nukaŋuti nèle mɔ trem na nye agbe, be nawum?
”Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o. Salomo dze Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Milkom, si nye Amonitɔwo ƒe ŋunyɔnu la yome. Salomo wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye medze Yehowa yome blibo abe fofoa Dawid ene o. Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ. Alea wòwɔe na srɔ̃a, siwo katã tso anyigba bubuwo dzi, amesiwo do dzudzɔ, eye wosa vɔ na woƒe mawuwo.
”Elabena wogblẽm ɖi, eye wode ta agu na Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Moabtɔwo ƒe mawu Kemos kpakple Amontɔwo ƒe mawu Milkom, womezɔ nye mɔ dzi, be woawɔ nusi nyo le ŋkunye me, eye woawɔ nye ɖoɖowo kple kɔnuwo dzi abe fofoa Dawid ene o.
”Tete fia la de adaŋu hewɔ sikanyivi eve, eye wògblɔ na wo bena: Miede Yerusalem wòsɔ gbɔ azɔ! Israel, kpɔ ɖa, wò mawu, siwo kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, wonye si.
”Elabena woawo hã wɔ nuxeƒewo, aƒeliwo kple Aserawo ɖe togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã te. Matrewɔlawo hã le anyigba la dzi, eye wokpɔ dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋku me la, ƒe ŋunyɔnuwo katã wɔ.
”Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o. Eye Eliya gblɔ na dukɔ la bena: Nye ɖeka koe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila kpɔtɔ, ke Baal ƒe nyagblɔɖilawo le ame alafa ene kple blaatɔ̃. Eyata ne woatso nyitsu eve na mí, eye woawo natsɔ nyitsu ɖeka aflii ahaɖo nake dzi, ke womaɖe dzo ade ete o; eye nye hã maɖi nyitsu ɖeka atsa aɖo nake dzi, eye nyemaɖe dzo ade ete o. Emegbe miayɔ miaƒe mawu ŋkɔ, eye nye hã mayɔ Yehowa ŋku, eye wòava me be, mawu, si atso dzo atɔe la, eyae nye Mawu. Tete dukɔ blibo la do ɣli gblɔ bena: Gbe la medze vɔ o.
”Eye Eliya gblɔ na Baal ƒe nyagblɔɖilawo bena: Mitia nyitsu ɖeka, eye mitre ewɔwɔ, elabena miesɔ gbɔ, eye miyɔ miaƒe mawu ŋkɔ, ke migaɖe dzo de ete o. Eye wòlé nyitsu, si wotsɔ na wo la, hewɔe, eye woyɔ Baal ŋkɔ vaseɖe ɣeɖota le gbɔgblɔm bena: Baal, tɔ na mi! Ke gbea ɖeke meɖi o, eye amea ɖeke metɔ o. Eye wole kpo tim le xlã ƒom vɔsamlekpui, si wowɔ la. Eye wòva me le ɣeɖota be, Eliya ɖe alɔme le wo ŋu gblɔ bena: Miɖo ɣli sesĩe ko, elabena mawue, ɖewohĩ ele ŋugble dem, eɖe kpɔ, alo eyi nugbe, alo ele alɔ dɔm, ne wòanya. Tete wodo ɣli sesĩe, eye wotsɔ yi kple akplɔ de abi wo ɖokuiwò ŋu le woƒe kɔnu la nu, vaseɖe esime ʋu do le wo ŋu. Eye esi ɣetrɔ ɖo la, wode asi nugbenugbee wɔwɔ me vaseɖe ɣeyiɣi, si wosaa nuɖuvɔ; ke gbea ɖeke meɖi o, amea ɖeke metɔ o, eye amea ɖeke meɖo to o.
”Azɔ Eliya gblɔna dukɔ blibo la bena: Mile va gbɔnye. Esi dukɔ blibo la te ɖe eŋu la, eɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si wogbã la ɖo. Eye Eliya tsɔ kpe wuieve le Yakob, amesi Yehowa gblɔ na be: ŋkɔwòe anye Israel la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu. Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui le Yehowa ƒe ŋkɔ me, eye wòɖe ne ƒo xlã vɔsamlekpui la kpe ɖo, ale be woate ŋu aƒa lu dzidzenu eve ɖe wo domee. Eyome wòɖo nakeawo ɖo, eye wòɖi nyitsu la heɖo nakeawo dzi. Eye wògblɔ bena: Midu tsi tɔmedeze ene kɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi! Eye wògblɔ be: Miwɔe zi evelia! Eye wowɔe zi evelia. Emegbe wògagblɔ be: Miwɔe zi etɔ̃lia! Eye wowɔe zi etɔ̃lia. Eye tsi la gbagba ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woɖu tsi ɖe ʋe la hã me wòyɔ taŋ.
”Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu. Tɔ nam, Yehowa, tɔ nam, ne dukɔ sia nadze sii be, wò Yehowa enye Mawu, eye wòe agatrɔ woƒe dziwo! Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ. Eye esi dukɔ blibo la kpɔe la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Yehowae nye Mawu, Yehowae nye Mawu! Eye Eliya gblɔ na wo bena: Milé Baal ƒe nyagblɔɖilawo, wo dometɔa ɖeke megasi o! Eye wòlé wo. Tete Eliya kplɔ wo yi Kison-tɔʋu la nu, eye wowu wo ɖe afima.
”Eye wòwɔ ŋunyɔnu geɖe hesubɔ legbawo abe Amoritɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la, pɛpɛpɛ ene.
”Esi Yoram kpɔ Yehu la, egblɔ bena: Yehu, ŋutifafaea? Eɖo ŋu bena: Ŋutifafa ka? Esi dawo Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple dzosasa ta le agbɔ sɔm ɖaa ko laa?
”eye woɖe legbawo tso Baal ƒe xɔa me heta dzo wo. Wogbã Baal ƒe legba la, eye wogbã Baal ƒe xɔ la hetsɔe ɖo kpɔxadeƒee vaseɖe egbe.
”eye wodo dzudzɔ le afima le nuxeƒewo katã abe dukɔ, siwo Yehowa nyã le wo ŋgɔ ene, eye wowɔ nu vɔ̃ɖiwo, be woatsɔ ado dziku na Yehowa. Wosubɔ legbawo, evɔ wònye Yehowa gblɔ na wo be, migawɔe o hafi!
”Ke womeɖo to o, hafi boŋ wosẽ ta me abe wo fofo, siwo mexɔ Yehowa, woƒe Mawu dzi se o la ene Wodo vlo eƒe ɖoɖowo kple nu, si wobla kple wo fofowo kpakple eƒe se, si wòde na wo la, eye wowɔ yakanuwo hezu ame ɖigbɔwo, eye wodze dukɔ, siwo ƒo xlã wo la yome, eva wònye Yehowa de se na wo be, womegawɔ abe woawo ene o hafi. Woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã ŋu, eye wokɔ legbawo, siwo nye nyivi eve, wowɔ Aserawo, eye wode ta agu na dziƒonuwo katã, eye wosubɔ Baal. Wona wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo to dzo me, woka afã hesa dzo, eye wotsɔ wo ɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wowɔ le Yehowa ŋku me, ne woatsɔ aɖo dɔmedzoe nɛ. Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋuti ŋutɔ, eye wòɖe wo ɖa le eƒe ŋku ta; wo dometɔa ɖeke mekpɔtɔ o, negbe Yuda-to la ko.
”Ke dukɔ sia dukɔ wɔ mawuwo na eɖokui, eye wotsɔ wo ɖo nuxeƒexɔ, siwo Samariatɔwo wɔ la me; dukɔ sia dukɔ wɔe ɖe du, si me wòle la me.
”Wova Yehowa, eye wogasubɔ woƒe mawuwo le dukɔ, siwo dome wokplɔ wo tsoe la ƒe kɔnuwo nu. Vaseɖe egbegbe wogale woƒe kɔnu xoxoawo dzi; womevɔ̃a Yehowa ɖeɖe o, eye womewɔna le woƒe dodowo kple woƒe kɔnuwo ɖeɖe nu loo, alo wona le nufiafia kple se, siwo Yehowa de na Yakob, amesi wotsɔ ŋkɔ na be Israel ƒe viwo la nu o. Elabena Yehowa bia nu kpli wo, eye wòde se na wo gblɔ bena: Migavɔ̃ mawu bubuwo o, migade ta agu na wo o, migasubɔ wo o, eye migasa vɔ na wo o!
”Eɖe nuxeƒewo ɖa, eye wògbã aƒeliwo, elã Aserawo, eye wògbã akɔblida, si Mose wɔ la; elabena Israel-viwo do dzudzɔ nɛ vaseɖe ɣemaɣi, eve wòna ŋkɔe be Nexustan.
”Yehowa, Asur-fiawo nya tsrɔ̃ dukɔwo kple woƒe anyigbawo vava. Wotsɔ woƒe mawuwo de dzo me, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe asinu dɔwɔwɔwoe, ati kple kpewo wonye, eyata wo srɔ̃ wo.
”Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ.
”Esi Yuda-fia Manase wɔ ŋunyɔnu sia, eye wòwɔ nu gbegblẽ wu nusiwo katã Amoritɔwo wɔ le eŋgɔ, eye wòtsɔ eƒe legbawo ble Yuda hã de nuvɔ̃ me la, eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yerusalem kple Yuda dzi, ale be amesiwo katã asee la, ƒe towo kple eve me laɖi yeŋ.
”Eto mɔ, si fofoa to la pɛpɛpɛ, eye wòsubɔ legba, siwo fofoa subɔ hede ta agu na wo.
”Eɖe legba nunɔla, siwo Yuda-fiawo ɖo, be woasa vɔ le nuxeƒewo le Yuda-duwo kple Yerusalem-nutowo me la ɖa, hekpe ɖe amesiwo doa dzudzɔ na Baal kple ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo katã la ŋuti. Eye wòɖe Asera do goe tso Yehowa ƒe aƒe la me tsɔ yi Kidron-tɔʋu la nu le Yerusalem godo; etɔ dzoe le Kidron-tɔʋu la nu, eye wòtui memee helɔ wu de ame tsɛwo ƒe yɔdowo dzi. Egbã matrewɔlawo ƒe xɔ, siwo le Yehowa ƒe aƒe la me, afisi nyɔnuwo nɔa agbadɔvɔ lɔ̃m na Asera le la. Ena nunɔlawo katã tso Yuda-duwo me va, eye wòdo gu nuxeƒe, siwo nunɔlawo doa dzudzɔ le tso Geba vaseɖe Beer-Seba; eye wògbã agbowo nu nuxeƒe, siwo le dumegã Yosua ƒe agbo nu le dugbo la ƒe mia me gome.
”Eye Yosiya ɖe ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, aklama kpakpɛwo kple legbawo kpakple ŋunyɔnuwo, siwo katã wòkpɔ le Yuda-nyigba dzi kple Yerusalem la hã ɖa, ne wòawɔ se la ƒe nya, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ, si nunɔla Xilkiya fɔ le Yehowa ƒe aƒe me la dzi.
”Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se,
”Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye legbawo, ke Yehowa wo dziƒo.
”Ke eya ŋuta ɖo nunɔlawo na nuxeƒewo kple azizãwo kpakple nyivi, siwo wòwɔ.
”Eɖe vɔsamlekpui tutowo kple nuxeƒewo ɖa, egbã aƒeliwo, eye wòlã Aserawo
”Wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ƒe aƒe la ɖi, eye wosubɔ Aserawo kple legbawo Tete dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi le woƒe fɔɖiɖi sia ta.
”Esa vo na Damaskotɔ, siwo sii la ƒe mawuwo gblɔ bena: Esi Aram-fiawo ƒe mawuwo kpe ɖe wo ŋu la, eyata nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye! Ke wòtrɔ zu mɔ̃ na eya kple Israel blibo la. Eye fia la ƒo Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo nu ƒu, eye wògbã Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo, etu Yehowa ƒe aƒe ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe dzogoewo katã dzi le Yerusalem. Ewo nuxeƒewo ɖe Yuda-duwo katã me, ne woaɖo dzudzɔ na du bubu me tɔwo ƒe mawuwo, eye wòdo dziku na Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la.
”Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu. Egagbugbɔ nuxeƒe, siwo fofoa Xizkiya gbã la tu, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo na Baalwo, ewɔ Aserawo, eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã hesubɔ wo.
”Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne. Etso legba, si wòwɔ la, ɖo mawuxɔ me, xɔ, si ŋu Mawu gblɔ le na Dawid kple via Salomo bena: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo xɔ sia me tegbee kple Yerusalem, si metia le Israel-towo katã me la.
”Vevesesewo dzina ɖe dzi na amesiwo tsɔa Mawu ɖɔa li mawu bubuwoe; nyemaƒo woƒe vɔsaʋu ɖe anyi o, eye woƒe ŋkɔ mava nye nu me o.
”Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ, eye woƒe legbawo wotsɔ do adãe. Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ,
”Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo.
”Ŋu nekpe aklama kpakpɛ subɔlawo katã, amesiwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, mawuwo katã mede ta agu nɛ!
”Wosubɔ woƒe legbawo, eye wotre zu mɔ na wo, Eye wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na gbetsiwo. Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.
”Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. Nu li na wowomeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o; ŋɔti li na wo, womeʋẽa nu sena o; asi li na wo, wometea nu kpɔna o; afɔ li na wo, womezɔa azɔli o, eye womeƒoa nu toa ve me o. Amesiwo wɔa wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, sɔ kpli wo.
”Dukɔwo ƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye. Nu li na wo, womeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o; eye gbɔgbɔa ɖeke hã mele woƒe nu me o. Amesiwo wɔ wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, di woamawo.
”Etso wò dukɔ, Yakob ƒe aƒe la, ƒu gbe, elabena ɣedzeƒetɔwo ƒe afakaka yɔ wo fũ, wosa dzo abe Filistitowo ene, eye wona asi du bubu me viwo.
”Legbawo yɔ eƒe anyigba dzi fũ; wode ta agu na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo, nusiwo woawo ŋutɔwo ƒe asibide wɔ.
”Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo,
”Ne wogblɔ na mi be, mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbee dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu ase oa? De woabia nu kukuawo na agbagbeawoa? Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.
”Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba! Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; malia alilikpowo ta me, eye mia kple dziƒoʋĩtɔ la mianɔ tasɔsɔ me. Ke woatutu wò aƒu tsieƒe, ɖe aʋli doblukɔ tsiɖitsiɖi la me.
”Maɖe gbɔgbɔ le Egipte me keŋkeŋ, eye magblẽ eƒe tameɖoɖo me, eye woabia nu legbawo, dzotɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.
”Miado gu klosalo, siwo wofa ɖe miaƒe aklama kpakpawo ŋu, kple sika, si le miaƒe legbawo ŋu; miaɖe wo ɖa abe ŋunyɔnu ene ahagblɔ ɖe wo ŋu bena Mido!
”Elabena le ɣemaɣi la wo dome amesiame anyɔ ŋu eƒe klosalolegba kple sikalegba, siwo eƒe asiwò wo na eɖokui hena nuvɔ̃wɔwɔ la.
”Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.
”Amesiwo ɖoa dzi ɖe aklama kpakpɛwo ŋu, eye wogblɔna na legbawo be: Miawoe nye míaƒe mawuwo la, woate gbugbɔ ɖe megbee, eye ŋu akpe wo vevie.
”Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.
”Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
”Legba mèlawo katã la toflokowo wonye, eye woƒe nu lɔlɔ̃awo mele ɖeke me o; woawo ŋutɔwoe nye woƒe ɖasefowo be, womele nu kpɔm o, eye womedzea si nu o, eyata ŋukpe alé wo. Amekae wɔ mawua ɖe, eye amekae kɔ legbaa ɖe, si mele ɖeke me o? Kpɔ ɖa, ŋu akpe wo hatiwo katã; aɖaŋuawo la, amegbetɔwo wonye, wo katã naƒo ta kpli, eye woado: ke woadzo nyanyanya, eye ŋukpe alé wo katã. Gbeɖe tsɔa gayibɔ tua fiae, ewɔa eŋu ɖɔ le dzoka xɔxɔ me, etsɔa zu tunɛ, eye wòtsɔa eƒe alɔkpa sesẽ wɔa ɖɔ le eŋu; ne dɔ va wui la, ekema ŋusẽ vɔna le eŋu, ne meno tsi o la, ekema eƒe lãme tuna. Atikpala daa dzidzeka, etsɔa ɣe tanɛ, eye wòtsɔa fi kpanɛ, etsɔa nudzidzega tanɛ, eye wòwɔnɛ ɖe ŋutsu ƒe nɔnɔme me, ɖe amegbetɔ ƒe ɖekadzedze me, ne wòanɔ xɔ me. Amea ɖe lã sedertiwo, etsɔ fɔfɔli kple logoti, eye wotia avemetiwo na eɖokui. Eɖo sesewu wo, eye tsidzadza na wotsi. Wonye dzodonu na amegbetɔ; etsɔ ɖe do dzoe heƒu, eye wòtsɔe do dzo ƒo aboloe; etsɔ ɖe wɔ mawui hede ta agu nɛ, eye wòtsɔ ɖe wɔ aklama kpakpɛe heɖo gbe ɖa nɛ.
”Etsɔ mamlea wɔ mawui, etsɔe wɔ eƒe legbae, eye wòdze klo ɖe ta agu nɛ hedo gbe ɖa nɛ gblɔ bena: Ɖem, elabena wòe nye nye mawu! Womenyaa nu o, eye womedzea si nu o, elabena woƒe ŋku nye tre mele nu kpɔm o, eye woƒe dzi mele nu gɔme sem o.
”Nyee nye Yehowa, ɖeke megali o; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o; mebia ali dzi na wò, esi mekpɔ dze sim haɖe o,
”Mi dukɔwo ƒe ame sisiwo, miƒo ta kpli, eye miva, mi katã milé va! Ame manyanuwo wonye, amesiwo lé woƒe aklama kpakpɛ tikpowo ɖe la, eye wole gbe dom ɖa na mawu, siwo meɖea ame o.
”Wo, amesiwo dudua sika tsoa kotoku me ɖe anyi, eye wodaa klosalo le nudanu me, woɖatsɔa gbeɖe, ne woatsɔe awɔ mawu, si woadze klo ade ta agu na. Wokɔe ɖo abɔta, eye wode ta ete ɖadro ɖe enɔƒe; etsia tre ɖi meʋãna tsoa eteƒe o. Ne amea ɖe do ɣli nɛ hã, mesenɛ o, eye meɖenɛ tsoa eƒe hiã la me o.
”Do kple wò gbesawo kpakple wò dzo gbogbo, siwo ŋu nèku kutri le tso wò ɖevime ke; ɖewohĩ ate ŋu awɔ nane, ɖewohĩ ate ŋu ado ŋɔdzi na amea ɖe. Ede aɖaŋu geɖe wòti ko na wò; na dziŋgɔli me nyalawo, amesiwo ɖea ŋku ɖe dzinuviwo, eye wodzea si nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò le dzinu me la, natso axɔ na wò. Kpɔ ɖa, gbe ƒuƒu wonye, dzo afiã wo, womaɖe woƒe agbe tso dzoƒaɖe ƒe ŋusẽ nu o, elabena menye dzoka xɔxɔ wònye, ne wòa ƒu o, eye menye mlekpui me dzo wònye, ne woabɔbɔ nɔ enu o. Alea amesiwo ŋu nèku kutri ɖo, eye mia kpli wo mietsa asi tso wò ɖevime ke la, woazu na wò, amesiame lé eƒe mɔ, eye ɖeke mexɔ na wò o.
”Nuka? Miele fifim, le ame wum, le ahasi wɔm, le atam dzodzro kam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo mienya o tso, hafi mievana hetsia tre ɖe ŋkunye me le aƒe sia, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me henɔa gbɔgblɔm be: „Mía ŋu vo“, ne miawɔ ŋunyɔnu siawo katã? Ɖe aƒe sia, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la, zu adzodalawo ƒe do le mia ŋku mea? Yehowa be: Nye hã mekpɔe!
”Viwo le nake fɔm, fofowo le dzo dom, eye nyɔnuwo le amɔwɔ blum, ne woatsɔ tɔ tatali na dziƒofianyɔnu, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo, ne woatsɔ do dziku nam.
”ahasia ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo nu, nusiwo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, wodze wo yome, wobia nu wo se, eye wode ta agu na wo; womafɔ wo o, eye womatsɔ wo aɖi o, eye woazu gbeɖuɖɔ le anyigba dzi.
”Elabena dukɔwo ƒe ɖoɖowo la, nu dzodzroe. Ati wònye wotso le ave me, eye aɖaŋua tsɔ fiavi wɔ eŋu dɔe. Wotso klosalo kple sika ɖo atsyɔ̃ ne, eye wotso zu ƒo gatagbadzɛ ɖee, be magamũ o. Woɖi xenyãnu le adzamatregble me, eye womate ŋu aƒo nu o; ele be, woatso wo, elabena womezɔa azɔli o. Migavɔ̃ wo o, elabena womewɔa vɔ̃a ɖeke o, eye nyuiwɔwɔ hã mele wo ŋu o.
”Ale miagblɔ na wo enye si: Mawu, siwo mewo dziƒoa kple anyigba o la, wo nu ayi tso anyigba dzi kple dziƒo te.
”Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunyanya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o. Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la, wonye, woatsrɔ̃ le woƒe tohegbe.
”Dukɔ vɔ̃ɖi sia, si gbe nye nyawo sese, wole zɔzɔm le woƒe dzimesesẽ nu, wodze mawu tutɔwo yome, eye wosubɔ wo hede ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia, si ŋu wɔnaa ɖeke megale o la ene.
”Ɖe amegbetɔ awɔ mawuwo na eɖokui, siwo menye Mawu wonye oa?
”elabena wogblẽm ɖi, eye wodo gu teƒe sia, wodo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo woawo kple wo fofowo kpakple Yuda-fiawo menya o la, le afima, eye wotso ame maɖifɔwo ƒe ʋu ya teƒe sia taŋ; wodi nuxeƒewo na Baal, ne woata dzo wo viwo abe numevɔsa ene na Baal, nusi nyemeɖo na wo o, nyemegblɔe na wo, alo wòahayi nye ta me va ge gɔ̃ hã o. Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagayɔ teƒe sia be Tofet kple Ben-Hinom-bali me o, ke boŋ be amewubalime.
”Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.
”Migadze mawu fufuwo yome, ne miasubɔ wo ahade ta agu na wo o, eye migatsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo do dziku nam o, ekema nyemawɔ vɔ̃a ɖeke mi o.
”Ke miawo la migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃ekulawo, gbesalawo kple dzotɔwo, amesiwo le gbɔgblɔm na mi be, miasubɔ Babel-fia o la o. Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi, be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigba dzi, ne manyã mi, eye miatsrɔ̃.
”Wotsɔ woƒe ŋunyɔnuwo ɖo aƒe, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me, ne woagblẽ kɔ ɖo nɛ. Wowɔ nuxeƒewo na Baal ɖe Ben-Hinom-bali la me, ne wòakɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ŋu na Molox, nusi nyemeɖo na wo alo wòayi nye ta me va ge, be woawo ŋunyɔnu sia ahatsɔ ble Yuda ade nuvɔ̃ me o.
”Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o. Nu dzodzroawo wonye, dɔwɔwɔ, si ŋu woaɖe alɔme le la wonye; woatsrɔ̃ le gbesigbe woahe to na wo.
”gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na amesiwo saa dzoka ɖe alɔnuwo katã, eye wowɔa tatsyɔnu ɖe tawo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo tɔ ŋu, ne woatsɔ alé luʋɔwoe; wòlé nye dukɔ ƒe luʋɔ, be woawo ŋutɔ ƒe luʋɔ natsi agbe.
”Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matso miaƒe dzoka, siwo mietsɔna ɖea luʋɔwoe abe xevi ene la, le miaƒe alɔnuwo, eye maxɔ luʋɔ, siwo mieɖe abe xevi ene la.
”Amevi, ŋutsu siawo lé woƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ woƒe vodadawo ƒe nukikliwo ɖo ŋku me, ɖe mana woabia gbema? Eyata ƒo nu kpli wo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne Israel ƒe aƒe la ƒe ŋutsua ɖe lé eƒe legba ɖe dzi me, eye wòtsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo eŋu ne, evɔ wònye eƒe legbawo sɔ gbɔ hafi; ne nye asi natu Israel ƒe aƒe la ƒe dzi, wo amesiwo tso woƒe legbawo katã trɔ le yonyeme.
”Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mitrɔ, mitrɔ tso miaƒe legbawo yome, eye miɖe kɔ ɖa le miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu! Elabena ne Israel ƒe aƒe la ƒe amea ɖe, alo amedzro, siwo le Israel la dometɔa ɖe trɔ le yonyeme, elé eƒe legbawo ɖe dzi me, eye wotsɔ eƒe vodada ƒe nukikli ɖo ŋku me heva nyagblɔɖila gbɔ, ne woabia gbem nɛ la, nye Yehowa ŋutɔ maɖo ŋu nɛ.
”Elabena Babel-fia ava tɔ de mɔdzevee nu le mɔawo kple eve ƒe godoƒe, be wòaka afã, adzobo aŋutrɔwo, abla gbe aklama kpakpɛwo ase, eye wòaɖe ŋku de lãklã ŋu.
”Daniel do ŋn na fia la gblɔ bena; Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, hokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvi me nyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o. Ke Mawua ɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nehukadnezar. Wò drɔ̃ekuku kple ŋutega, si va ta me na wò le wò aba dzi la, enye si;
”Tete dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo va, eye meli drɔ̃e la na wo, ke womeɖe egɔme nam o.
”Persia-flaɖuƒe la ƒe amegã nɔ te ɖe nunye ŋkeke blavevɔ ɖekɛ sɔŋ, eye Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka, va xɔ nam, eye megblẽe ɖe Persia-fiawo gbɔ le gama.
”Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi.
”Matsrɔ̃ dzokawo le asiwò, eye gbesalawo maganɔ asiwò azɔ o. Matsrɔ̃ wò aklama kpakpɛwo kple aƒeliwo ɖa le ɖo-wòme, eye magaɖe ta agu na wò aslnudɔwɔwɔwo azɔ o. Maho wò Aserawo ɖa le dowòme, eye magblẽ wò duwo.
”Viɖe ka nye aklama kpakpɛ be, ekpala kpae, eye viɖe ka nye legba kɔkɔ kple alakpanufiala be, legbamela le dzi ɖom ɖe eƒe legba ŋu, esi wòwɔ legba maƒonuwo? Baba na amesi lé gbɔgblɔm na ati be: Nyɔ! eye na kpe maƒonu be: Fɔ! Ɖe wòate ŋu afia nu amea? Kpɔ ɖa, sika kple klosalo wotsɔ fa ɖe eŋu, eye gbɔgbɔ ku ɖeka hã mele eme o.
”Mado nye asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu, eye ma-tsrɔ̃ Baal ƒe susɔea ɖa le teƒe sia akpe ɖe trɔ̃nuawo kple nunɔlawo ƒe ŋkɔ ŋu; matsrɔ̃ amesiwo dea ta agu na dziƒo ŋu nuwo la, akpe ɖe amesiwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Milkom la siaa ŋu;
”Elabena aklama kpakpɛwo gblɔa nya maɖinyawo, eye hokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o, eye woƒe akɔfaname la toflokoe; eyata woanɔ tsa glãla tsam abe alẽwo ene, eye fu awɔ wo, elabena lãkplɔvla ɖeke meli o.
”Yuda wɔ nu tovo, eye wowɔ ŋunyɔnu le Israel kple Yerusalem. Elabena Yuɖa gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe, si gbɔ melɔ̃a nu le o, eye wode mawu tutɔ ƒe nyɔnuvi. Yehowa atsrɔ̃ ŋutsu, si wɔa nusia la ɖa le Yakob ƒe agbaɖɔwo me akpe ɖe vi kple fɔgbulyɔvi kpakple amesi saa vɔ na Yehowa Zebaot la ŋuti.
”Eye migayɔ amea ɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.
”Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o. Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia? Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye. Megawɔ mo yaa na wò be, megblɔ na wò bena: Ele be, woadzi mi atso dziƒo o. Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.
”Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi. Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o.
”Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi metoa agboa nu heyina ɖe alèxɔa me o, ke wòyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme la, eya nye fiafitɔ kple adzodala.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
”Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.
”Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.
”Ke ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Simon la, va nɔ dua me heka afa, eye wòna Samaria-dukɔ la ƒe nu ku, esi wògblɔ bena, ye ŋutɔe nye gã; amesia ŋuti wo katã ku ɖo, tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, hele gbɔgblɔm bena: Amesiae nye Mawu ƒe ŋusẽ la, si woyɔna be gã. Ke woku ɖe eŋu; elabena xoxoxo wòna woƒe nu ku le eƒe afakaka la ŋuti. Eye esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyuie gblɔm la dzi se la, wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ke Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye esi wode mawutsi ta ne la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli; eye esi wòkpɔ dzesi kple ŋusẽdɔ gã, siwo wɔm wòle la, kuvia ɖoe.
”Ke esi woto ƒukpo blibo la me vaseɖe Pafo la, wokpɔ Yudatɔa ɖe, si nye afakala kple aʋatsonyagblɔɖila, amesi ŋkɔ nye Baryesu, si le dua me dziɖula, Sergio Paulo, ŋutsu nyanua ɖe gbɔ. Amesia yɔ Barnaba kple Saul vɛ, eye wòɖi bena, yease mawunya la. Ke afakala Elima (elabena nenema woɖe eƒe ŋkɔ la gɔme) tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòdi bena, yeatrɔ dua me dziɖula atso xɔse la me. Tete la Saul, si woyɔna hã be Paulo, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, lé ŋku ɖe edzi gã gblɔ bena: Oo, abosamvi, wò amesi yɔ fũ kple alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã, dzɔdzɔenyenyewo katã ƒe ketɔ, ɖe midzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔewo tɔtrɔ oa? Eye azɔ la kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe asi ava dziwò, eye wò ŋku agba, eye magakpɔ ɣe o vaseɖe ɣeyiɣia ɖe dzi. Eye enumake afu kple viviti dze edzi, eye wòle asi tsam le amesi alé eƒe alɔnu akplɔe la dim. Tete esi dua me dziɖula kpɔ nusi va ve me la, exɔe se, eye kuvia ɖoe le Aƒetɔ la ƒe nufiafia ŋuti.
”Eye woyɔ Barnaba be Yupiter, ke Paulo be Merkurio; elabena eyae gblɔa nya. Tete la Yupiter, si le dua xa la, ƒe nunɔla tsɔ nyitsu kple seƒoƒotsihewo va agboa nu, eye wòle ɖidim bena, ye kple amehawo yewoasa vɔ. Ke esi apostoloawo, Barnaba kple Paulo, see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ɖo ameha la me hele ɣli dom, le gbɔgblɔm bena: Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;
”Eye wòva me bena, esime mieyina gbedoɖaƒe la, nyɔnudɔlaa ɖe, si me afakakagbɔgbɔ le la, kpe mí, amesi nana eƒe aƒetɔwo kpɔa viɖe geɖe to nukaka me la. Amesia dze Paulo kple mia yome, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nenem me siawo la, Mawu dzifoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mí. Eye wò wo esia ŋkeke geɖe. Ke esi wòve dome na Paulo la, etrɔ gblɔ na gbɔgbɔ la bena: Mede se na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me bena, nado go le eme! Eye wòdo go le gaƒoƒo ma ke dzi.
”Eye esi Paulo le tsitre ɖe Areopago la titina la, egblɔ bena: Mi Ateneŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋuta. Elabena esi metsa le dua me, eye mekpe miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpuia ɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: „Mawu, si womenya o la tɔe.“ Azɔ nusi mienyã o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiãm. Mawu, si wo xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o; eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame, eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe matu, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o: elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“ Azã esi míenye Mawu ƒe dzidzime la, medze bena, míasusu be, mawunyenye la ele abe sika alo klosalo alo kpe, si wodze le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la ene o. Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me;
”Eye ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye woto dzo wo le wo katã ƒe ŋku me; eye wobu woƒe home, eye wokpɔ klosalo akpe blaatɔ̃.
”Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo, eye woɖɔ li Mawu magblẽmagblẽ la ƒe ŋutikɔkɔe la, bene wòaɖi ame gbegblẽ kple xeviwo kple lãfɔnewo kple nutatawo ƒe nɔnɔme.
”amesiwo tso Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsokaka, eye wovɔ̃, eye wosubɔ nuwɔwɔ wu wɔla, si wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
”Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li. Ke nenye nusiwo woyɔna be mawuwo li hã, eɖanye le dziƒo alo anyigba dzi o, abe alesi mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li ene la;
”Eyata, nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!
”Azɔ la, nuka gblɔm mele? Ɖe mebena, trɔ̃ enye nu loo, alo trɔ̃ ƒe vɔsasa enye nua? Hafi boŋ mele gbɔgblɔm bena, nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o; ke nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o. Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?
”Mienyae bena, trɔ̃subɔlawo míenye tsã, eye miena wohe mi yi ɖe trɔ̃ maƒonuwo gbɔ, abe alesi wokplɔ mi ene. Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.
”Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa? Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.
”Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo. Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.
”Mewo yaa bena, miena wote mi ɖa tso amesi yɔ mi le Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ kaba ŋutɔ ale heyina nyanyuie bubua ɖe me, wònye nyanyuie bubua ɖeke meli o, negbe bena amea ɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyuie la. Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyuie la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu! Abe alesi míegblɔ tsã la, magagblɔe fifi hã bena, ne amea ɖe gblɔ nyanyuie la bubui fia mi ɖe esi miexɔ teƒe la, nezu busu!
”Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li,
”Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia
”Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,
”Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya.
”Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, eyae nye Kristo ƒe futɔ la. Amesiame, si sẽ nu le Vi la ŋuti la, eya ke sie Fofo la hã mele o: amesi ke ʋua Vi la me la, eya ke sie Fofo la hã le.
”Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame. Esia me míedze si Mawu ƒe Gbɔgbɔ le: Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si ʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me la, etso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ miese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo.
”Míawo la Mawu me mietso, eye amesi dze si Mawu la, ɖoa to mi; amesi metso Mawu me o la, meɖoa to mi o. Esia me míedze si nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ le.
”Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!
”Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.
”Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o. Eye wometrɔ tso woƒe hlɔ̃dodowo kple woƒe afakakawo kple woƒe ahasiwɔwɔwo kpakple woƒe fififiwo me o.
”Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.
”Eye wode ta agu na nɔ driba la; elabena etsɔ eƒe ŋusẽ na lã la, eye wode ta agu na lã la le gbɔgblɔm bena: Amekae le abe lã la ene, eye amekae ate ŋu awɔ aʋa kplii mahã?
”Eye wona ŋusẽe, be wòatsɔ gbɔgbɔ na lã la ƒe legba, bena lã la ƒe legba naƒo nu hã, eye wòawɔ bena, woawu ame geɖe, alesi nu medze klo subɔ lã la ƒe legba o. Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu, bena amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko. Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.
”Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me. Eye woƒe fu wowɔ ƒe dzudzu la tu le dziƒo yim tso mava me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.
”Eye nyɔnu la do aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwɔ leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo, eye sikakplu, si me yɔ fũ kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye la, le esi. Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada. Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.
”eye akaɖi ƒe keklẽ megale keklẽ ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o: elabena wò asitsalawo nye anyigba dzi megãwo; elabena woble dukɔwo katã to wò afakaka me.
”Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.
”