29 – Gbɔgbɔ vɔ̃wo
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Gbɔgbɔ vɔ̃wo.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Gbɔgbɔ vɔ̃wo.
Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;
”Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia
”Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba! Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; malia alilikpowo ta me, eye mia kple dziƒoʋĩtɔ la mianɔ tasɔsɔ me. Ke woatutu wò aƒu tsieƒe, ɖe aʋli doblukɔ tsiɖitsiɖi la me.
”Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã? Nyɔnua ɖo ŋu na da la be: Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa; ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o! Eye da la gblɔ na nyɔnua bena: Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃. Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu.
”Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui. Eye Yehowa Mawu gblɔ na da la bena: Esi nèwɔ alea la, eyata woaƒo fi ade wò le aƒemelãwo kple gbemelãwo katã dome: Wò ƒodo dzi nazɔ, eye ʋuʋudedie naɖu le wò agbe me ŋkekewo katã me! Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.
”Ke esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wodzi nyɔnuwo la, mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu. Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave! Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.
”Womegatsɔ woƒe lãwo sa vɔ na azizã, siwo wosubɔna la o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na wo kple woƒe dzidzimeviwo.
”Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu le bokɔnɔwo gbɔ o, bena miagaƒo ɖi o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!
”Ne amea ɖe yi ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ, eye wòdze wo yome la, maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.
”Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe nye ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ la, ekema woawu wo; woaƒu kpewo woaku, elabena woa ŋutɔwoe de hlɔ̃fe.
”Wokpe dukɔ la va woƒe mawuwo ƒe vɔsanu wo ɖuƒe, eye dukɔ la du nu, eye wòde ta agu na woƒe mawuwo. Eye Israel ku de Baal-Peor ŋu; eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu.
”Amea ɖeke megana dowòme, si ana woatɔ dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o, eye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukata kple ŋɔliyɔlaa ɖeke meganɔ dowòme o
”Wosa vɔ na trɔ, siwo menye mawuwo o, kple mawu, siwo womenya o, kpakple nu yeye, siwo meli tsã o, nusiwo ŋu mia fofowo medzi ŋɔ le o.
”Tete Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo.
”Ke Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye wotsɔe tso Eben-Ezer va Asdod. Esi Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, wotsɔe va Dagon ƒe me, eye wodae ɖe Dagon gbɔ. Ke esi Asdodtɔwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wòfɔ Dagon gatsɔ ɖo eteƒe. Esi wogafɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye ta kpakple asibayawo kple eve dudu le Dagon ŋu, eye wòƒo kponogo ɖi. Eyata Dagon ƒe nunɔlawo kple amesiwo katã dea Dagon ƒe me la, megaɖoa afɔ Dagon ƒe kpui nu le Asdod vaseɖe egbe o. Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me. Esi Asdodtɔwo kpɔ bena, ale nɔ ge wòala la, wogblɔ bena: Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la meganɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple miaƒe mawu Dagon dzi.
”Ke Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le Saul dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃e ɖe tso Yehowa gbɔ va noa fu ɖem ne. Eye Saul ƒe dolawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò. Mía aƒetɔ ɖi nyaa ɖe gblɔ, wò dɔlawo nye si le ŋkuwò me, ne woaɖadi ŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo, eye ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò la, woatsɔ eƒe asi aƒo saŋkui, ne wòaka ɖe me na wò!
”Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, Dawid tsoa eƒe asi ƒoa kasaŋku, eye edzi kana ɖena na Saul, ekana ɖe eme nɛ, eye gbagba vɔ̃ la dzona le edzi.
”Esi ŋu ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dze Saul dzi, eye wòdze agbo le aƒea me; ke Dawid tsɔ eƒe asi ƒo saŋku abe tsã ene, eye Saul lé akplɔ ɖe asi.
”Gbɔgbɔ vɔ̃ gatso Yehowa gbɔ va dze Saul dzi, esime wobɔbɔ nɔ eƒe me, eye eƒe akplɔ le esi; ke Dawid tsɔ asi le saŋku ƒomi.
”Salomo dze Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Milkom, si nye Amonitɔwo ƒe ŋunyɔnu la yome. Salomo wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye medze Yehowa yome blibo abe fofoa Dawid ene o. Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ.
”Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me. Eye Yehowa gblɔ bena: Ameka ayi aɖaɖu Axab, ne wòaɖatsi aʋa le Ramot le Gilead? Amesi be ale, ame keme be ale. Tete gbɔgbɔa ɖe do va Yehowa ŋku me gblɔ bena: Mayi aɖaflui. Yehowa gblɔ nɛ bena: Aleke nawɔe? Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me Egblɔ bena: Àte ŋu aflui, heyi ɖawɔ nenema. Kpɔ ɖa, Yehowae tsɔ aʋatsogbɔgbɔ ɖe wò nyagblɔɖila siawo katã nu; elabena Yehowa ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.
”Woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã ŋu, eye wokɔ legbawo, siwo nye nyivi eve, wowɔ Aserawo, eye wode ta agu na dziƒonuwo katã, eye wosubɔ Baal. Wona wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo to dzo me, woka afã hesa dzo, eye wotsɔ wo ɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wowɔ le Yehowa ŋku me, ne woatsɔ aɖo dɔmedzoe nɛ.
”Eye Yosiya ɖe ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, aklama kpakpɛwo kple legbawo kpakple ŋunyɔnuwo, siwo katã wòkpɔ le Yuda-nyigba dzi kple Yerusalem la hã ɖa, ne wòawɔ se la ƒe nya, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ, si nunɔla Xilkiya fɔ le Yehowa ƒe aƒe me la dzi.
”Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se,
”Eye Satana tsi tre ɖe Israel ŋu, eye woble Dawid, be woaxlẽ Israel.
”Ke eya ŋuta ɖo nunɔlawo na nuxeƒewo kple azizãwo kpakple nyivi, siwo wòwɔ.
”Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne.
”Eye wòva me gbe ɖeka be, esi mawuviwo va tsi tre ɖe Yehowa ŋku me la, Satana hã le wo dome va. Tete Yehowa bia Satana be: Afika nètso? Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Metso tsatsa ge le anyigba dzi kple tsa ɖi ge le edzi. Yehowa gblɔ na Satana be: Elé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi ti. Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua? Ɖe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Eyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi. Ke do asi da, ne nade asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwo me keŋ oa? Yehowa gblɔ na Satana be: Kpɔ ɖa, eƒe nuwo katã le asiwò me, ɖeko megade asi eya ŋutɔ ŋu o. Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me.
”Eye wòva me gbe ɖeka, esi mawuviwo va tsi tre ɖe Yehowa ŋku me la, Satana hã le wo dome va tsi tre de Yehowa ŋku me. Tete Yehowa bia Satana bena: A ika nètso? Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Metso tsatsa ge le anyigba dzi kple tsa ɖi ge le edzi. Yehowa gblɔ na Satana be: Ele ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, ye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi o. Egale eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ko, ke woa ède adã ta me nam, be magblẽ edome naneke mawɔmawɔe. Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta. Ke ɖo wò abɔ ɖa, ne nade asi eƒe ʋu kple eƒe ŋutilã ŋu kpoa, be magbe wo nya me ŋkuwo me keŋ ene oa? Tete Yehowa gblɔ na Satana bena: Kpa ɖa, ele asiwò me, ɖeko kpɔ eƒe agbe ta! Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me hekplɔ ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome.
”Eye wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na gbetsiwo. Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.
”Tsieƒe le to me ʋi dzo nyanyanya le ŋkuwò me, le esi neva do goe la ta; enyɔ ŋɔli, siwo nye anyigba dzi ŋusẽtɔwo katã le ŋkuwò me, ena dukɔwo ƒe fiawo katã tso le woƒe fiazikpuiwo dzi. Wo katã wòxɔ dzi gblɔ na wò bena: „Wò ha egbɔdzɔ abe míawo ke ene, ezu abe miawo ene. Wò atsyɔ̃ kple wò saŋkuwo ƒe ɖiɖi yi tsieƒe, wotsɔ nyẽwo ɖo aba na wò, eye ŋɔwo tsyɔ dziwò.
”Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba! Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; malia alilikpowo ta me, eye mia kple dziƒoʋĩtɔ la mianɔ tasɔsɔ me. Ke woatutu wò aƒu tsieƒe, ɖe aʋli doblukɔ tsiɖitsiɖi la me.
”Amesiwo kpɔ wò la, aɖe ŋku ɖe wò, agaɖe ŋku ɖe wò ʋuu agblɔ bena: Ŋutsu, si na anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo la, nye esia? Amesi wɔ xexeame wòzu gbegbe, gbã eƒe duwo ƒu anyi, eye mede asi le eƒe aboyomewo ŋu ɖo de aƒe o la, nye esia?
”Filisti-nyigba blibo la, meganɔ dzidzɔ kpɔm le esi ati, si ƒo wò la ŋe ta o! Elabena ƒli ado tso da ƒe ke me, eye eƒe kutsetse anye da toaʋala.
”Ɣemaɣi la Yehowa atsɔ eƒe yi kpekpe gã sesẽ la ahe to na ʋɔ driba, si nye ɖa, si le sisim, kple ʋɔ driba, si nye da xatsaxatsa la, eye woawu boso le atsiaƒu me.
”Nya ɖe dziehe-nyigba ƒe lãwo ŋu. Le hiã kple xaxa ƒe anyigba dzi, afisi dzatanɔ kple dzatatsu dona tsona, afisi ƒli kple da toaʋala le la, afima wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo ƒe mẽdome kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo ƒe kpo dzi tsonɛ yia dukɔ, si mele viɖea ɖeke me o la gbɔ.
”Mido kpo le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒã, eye mido aflaga ɖe dzi! Miɖe gbe ƒã, migaɣlae o! Migblɔ be: Woxɔ Babel, ŋukpe lé Bel, eye wogbã Merodax ƒu anyi! Ŋukpe lé woƒe legbawo, eye wogbã woƒe mawuwo!
”Amevi, to konyifaha ɖe Tiro-fia ŋu, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ŋkɔsigɛ, si wodzidze wòsɔ, nènye, nunya ba ɖe asiwò, eye wò nyonyo teƒe mekɔ o. Ena Mawu ƒe abɔ Eden me, eye wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo ŋuwò. Karneol, topas kple yaspis, krisolit, soham kple oniks, safir, ametist kple smaragd; sika wotsɔ ɖo to na wò, eyae wotso do atsiã na wò le gbesigbe wowɔ wò. Enye Kerubi keke aʋala me, metsɔ wò ɖo Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, eye nèzɔ dzokpewo dome. Dzuƒe menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbesigbe wowɔ wò, vaseɖe esime wokpɔ nu madzɔmadzɔ le ŋuwò o.
”Le wò asitsatsa gbogboawo ta nètso nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yɔ ɖokuiwò mee, eye nezu nuvɔ̃wɔla; eyata menya wò ɖa le Mawu ƒe to kokoe la dzi, eye metsrɔ̃ wò le dzokpeawo dome, wò Kerubi, si keke aʋala me. Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, ètsɔ wò nunya de aka le wò atsyɔ̃ ta; eyata matsɔ wò aƒu anyi, eye matsɔ wò ade asi na fiawo, ne woakpɔ wò ʋuu keke wòati wo. Etsɔ wò vodada gbogboawo kple wò asitsatsa madzɔmadzɔ gblẽ ko ɖo na wò kɔkɔeƒe la; eyata mena dzo do tso mewo hefiã wò, eye metso wò wo dzowɔe ɖe anyigba dzi le amesiwo katã kpo wò la ŋku me. Wò ame nyanyɛwo katã le dukɔwo dome ƒe nu ku ɖe ŋuwò; nuwo yi ŋɔdzitɔe, eye màganɔ anyi akpɔ gbeɖegbeɖe o.
”Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va. Persia-flaɖuƒe la ƒe amegã nɔ te ɖe nunye ŋkeke blavevɔ ɖekɛ sɔŋ, eye Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka, va xɔ nam, eye megblẽe ɖe Persia-fiawo gbɔ le gama.
”Tete wògblɔ bena: Enye nusi ta meva gbɔwò doa? Azɔ magbugbɔ aɖawɔ ana kple Persia-amegã, eye ne medze la, ekema Hela-amegã le vava ge. Ke magblɔ nusi woŋlɔ ɖe nyateƒe-gbalẽ me la, na wò; amea ɖeke made dzinye ɖe wo ŋu o, negbe mlaƒe amegã Mixael ko.
”Eye wòna mekpɔ nunɔlagã Yosua tsi tre ɖe Yehowa ƒe dɔla ŋku me, eye Satana tsi tre ɖe eƒe ɖusi me, be wòatso enu. Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa?
”Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Le ɣemaɣi la matsrɔ̃ legbawo ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, eye womagava ŋku dzi na ame azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu natso le anyigba dzi.
”Tete Gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedzii, bena Abosam natee akpɔ. Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui. Eye tela te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be, wòatro zu abolo. Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“ Tete Abosam kplɔ eyama heyi ɖe du kɔkɔe la me, eye wòtsɔe da ɖe gbedoxɔ ƒe tsutsuẽƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema dzo naɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dolawo le ŋutiwò, eye woaxɔ wò ɖe asiwò me, be nagatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.“ Yesu gblɔ ne bena: Wogaŋlɔ ɖi hã bena: „Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!“ Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔa ɖe dzi, eye wòde xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae, eye wògblɔ nɛ bena: Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo ɖe la agu nam. Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“ Tete Abosam gblẽe ɖi, eye kpɔ ɖa, mawudɔlawo va subɔe.
”Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.
”Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!
”Ke esi fiẽsi ɖo la, wotsɔ ame geɖe, siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le wo me la, va egbɔ; eye wògblɔ nya henyã gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe, eye wòda gbe le amesiwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋuti,
”Eye esi wòva egodo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi la, ame eve, siwo me gbɔgbɔ vɔwo le, eye adã le mo na wo ŋutɔ, ale bena amea ɖeke metea ŋu toa afimamɔ o la, do go tso yɔdowo me va kpee. Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã? Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le adzɔge le gbe ɖum. Eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Ne ènyã mi do go la, dɔ mí ɖe hawo me. Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi! Eye esi wodo go la, woyi ɖe haawo me; kasia kpɔ ɖa, wo katã wòsi du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye woku ɖe tsiawo me. Tete wo kplɔviwo si, eye esi wova dua me la, woka nyaawo katã kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, hã ƒe nya ta na wo.
”Eye esi woawo do go la, kpɔ ɖa, wotsɔ aɖetututɔ, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, va egbɔ. Eye esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe la, aɖetututɔ la ƒo nu. Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa, wogblɔ bena: Womekpɔ nusia tɔgbee le Israel kpɔ o. Ke farisitɔwo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzie wòto nyã gbɔgbɔ vɔwo do goe.
”Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.
”Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.
”Tete wotsɔ amea ɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔe. Eye wòda gbe le eŋu ale bena, aɖetututɔ la ƒo nu, eye wòkpɔ nu. Eye kuvia ɖo ameha la katã, eye wogblɔ bena: Alo nenem me sia la menye Dawid vie o ɖe?
”Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o. Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o; eye ne Satana nyã Satana ɖo go la, emã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti; azɔ aleke lawɔ, eye eƒe fiaduƒe la anɔ anyi mahã? Ne nye la menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul dzi la, ekema miaƒe ŋutsuviwo la, ameka dzi woto nyã wo do goe mahã? Eyakeŋuti la woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ke ne nye la menyãa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa go to Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dzi la, ekema Mawu ƒe fiaɖuƒe la do ɖe mia dzi. Alo aleke ame lawɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi, ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi oa? Ekema ko hafi wòaha eƒe aƒemenuwo. Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna. Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo; ke busunya ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti la, womatsɔe ake o. Eye ne amea ɖe agblɔ nya ɖe amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke amesi ke agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le xexe sia alo esi lava, va la me o.
”Ke esi gbɔgbɔ bliba la do go tso ame la me la, eyi ɖato ƒuƒuiƒewo le dzudzɔ dim, eye mekpɔe o. Tete wògblɔ bena: Magbugbɔ ayi ɖe nye aƒe, si me metso va la me; eye esi wòva la, ekpɔe wòle ƒuƒlu, wokplɔ eme, eye woɖo atsyɔ nɛ. Tete la Wòtɔ edzi heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adadre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ la, hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye esi woyi ɖe eme la, wonɔ afima; eye nenem me sia ƒe anyinɔnɔ megbetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ; nenema ke wòanɔ na nenem dzidzime vɔ̃ɖi sia hã.
”Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.
”Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me; eye esi amewo dɔ alɔ la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe lua domee, eye wòdzo. Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo hã do. Eye aƒeatɔ ƒe dɔlawo va egbɔ gblɔna bena: Aƒetɔ, alo ɖe menye nuku nyui nèwu ɖe wò abɔ me oa? Afika gbe wuwlui la tso? Eya gblɔ na wo bena: Futɔ lae wo esia. Dɔlawo gblɔ ne bena: Ekema elɔ̃? be, míayi aɖagae mahã?
”ke abɔ la enye xexe la me, eye nuku nyui la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo; eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo. Azɔ la sigbe alesi woƒoa gbe wuwluiwo nu ƒu, eye wotɔa dzo wo la, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu.
”Matsɔ dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo ana wò, eye nusi ke nabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒowo, eye nusi ke natu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒowo.
”Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre. Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o! Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.
”le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, kpɔ nye ŋutsuvi ƒe nublanui! Elabena ele kpeŋui kum, eye wòle fu kpem ŋɔdzitɔe; elabena enuenu la edzea dzo me, eye enuenu la edzea tɔ me. Eye mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔ, eye womete ŋu da gbe le eŋu o. Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii! Eye Yesu wo ɖe eta, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso eme, eye ɖevi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.
”Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si ke míabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒo, eye nusianu, si ke miatu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒo.
”Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?
”Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!
”Eye wònɔ gbeadzi ŋkeke blane, eye Satana tee kpɔ, eye wònɔ anyi kple gbemelã wɔadãwo, eye mawudɔlawo va subɔe.
”Eye wodzo yi ɖe Kapernaum; eye enumake le Sabat-ŋkekea dzi la efia nu le ƒuƒoƒe la. Eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti; elabena efia nu wo abe amesi si ŋusẽ le la ene, eye menye abe agbalẽfialawo ene o. Eye enumake amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, le woƒe ƒuƒoƒe, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu blu ɖe eta bena: Mia wò nu, eye nado go le eme! Eye gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe, eye wòdo go le eme. Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe.
”Ke le fiẽ me, esime ɣe ɖo to la, wotso amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple esiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, va egbɔe. Eye du blibo la katã ƒo ƒu de ʋɔtrua nu. Eye wòda gbe le amesiwo katã le da bubu ƒomeviwo katã lém la ŋu, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do goe, eye mede mo na gbɔgbɔ vɔ̃wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae.
”Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii.
”Eye gbɔgbɔ makɔmakɔwo, ne wokpɔe ko la, wodzea klo ɖe ekɔ me, eye woɖoa ɣli gblɔna bena: Wòe nye Mawuvi la. Eye wogbe nya na wo vevie ŋuta bena, ne woagana wòanya ye o.
”Eye wòɖo ame wuieve, bena woanɔ ye ŋuti, eye bena yeadɔ wo aɖo ɖa woaɖaɖe gbe ƒã, eye bena ŋusẽ nanɔ wo si hena gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyà do goe.
”Eye agbalẽfiala, siwo tso Yerusalem va la, gblɔ bena Beelzebul le eme, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi. Eye esi wòyɔ wo va egbɔ la, eƒo nu na wo le lododowo me bena: Aleke Satana ate ŋu anyã Satana ado goe mahã? Eye ne fiaduƒe mã de ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaduƒe ma mate ŋu anɔ anyi o. Eye ne aƒe mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ anyi o. Eye ne Satana tsi tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema emã, eye emate ŋu anɔ anyi o, ke boŋ enu lava tsi. Amea ɖeke mate ŋu ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, eye wòaha eƒe aƒemenuwo o; negbe ɖeko woabia ŋusẽtɔ la gbã hafi aha eƒe aƒe. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ amegbetɔviwo ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna, kple busunya, siwo wogblɔna la, ake wo; ke amesi agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu la, makpɔ tsɔtsɔke vaseɖe mavɔmavɔ me o; ke boŋ enyi nuvɔ̃ mavɔmavɔ ƒe fe; elabena wogblɔ be: Gbɔgbɔ makɔmakɔ le eme.
”Nukuwula le nya la wum. Ke esiawo nye amesiwo le mɔ to, afisi wowu nya la ɖo; eye ne wosee ko la, enumake Satana vana, eye wotsɔa nya, si wowu ɖe wo me la, yinɛ.
”Eye esi wòdo go le ʋu la me la, amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, do go tso yɔdowo me va kpee, amesi ƒe nɔƒe nye yɔdowo me, eye amea ɖeke mete ŋu blane kple kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hã o; elabena enuenu woɖea kunyowu eƒe afɔwo, eye woblanɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, ke etsoa kɔsɔkɔsɔawo, eye wòŋea kunyowuawo, eye amea ɖeke metea ŋu nana eƒe mo fana o. Eye ɖaa zã kple keli wonoa yɔdowo me kple towo dzi henɔa ɣli dom, eye wònɔa kpe xlãm ɖe eɖokui. Eye esi wòkpɔ Yesu le adzɔge ke la, eƒu du va dze klo nɛ; eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o. Elabena egblɔ nɛ bena: Do go tso ame ta me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ! Eye wòbiae bena: Wò ŋkɔ ɖe? Eye wòɖo eŋu nɛ bena: Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe. Eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋutɔ bena, wòaganyã yewo tso afima nutoawo me o. Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le afima le gbe ɖum le to la dzi. Eye wode kuku nɛ gblɔ bena: Dɔ mí ɖe hawo me, ne míayi ɖe wo me. Eye wòna mɔ wo. Eye esi gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go la, woyi ɖe hawo me. Tete hawo katã si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu lãme, wo nu anɔ akpe eve, eye wono tsi ku ɖe ƒu la me. Eye amesiwo le wo kplɔm la si, eye woyi ɖaxlẽe fia le dua me kple agbletawo. Eye wodo go va nusi wònye va ve me la, kpɔ ge ɖa. Eye wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe legio nɔ la, le anyinɔƒe, eye wòta avɔ, eye eƒe mo kɔ, eye wovɔ̃. Eye amesiwo kpɔe la, woxlẽ nusi wòwɔ na amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, kple hawo ŋutinya hefiã wo. Eye wode asi kukuɖeɖe me nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me. Eye esi wòɖo ʋu la, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, ɖe kuku nɛ bena, yeana eŋuti, Eye mena mɔe o; ke egblɔ nɛ bena: Heyi aƒewò me ɖe tɔwòwo gbɔ, eye naxlẽ nusianu, si Aƒetɔ la wɔ na wò kple alesi wòkpɔ nublanui na wò la, afia wo.
”Tete wòyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve; eye wòna ŋusẽ wo de gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi;
”Eye esi wodo go yi la, wode gbe ƒã bena, woatrɔ le woƒe dzi me. Eye wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do go, ye wòsi ami na dɔléla geɖewo heda gbe le wo ŋu.
”Elabena nyɔnua ɖe, si gbɔgbɔ makɔmakɔ le vianyɔnuvi me la, se eŋkɔ, eye wòva dze klo ɖe eƒe afɔ nu. Ke nyɔnu la nye Helatɔ, si wodzi le Sirofoinike; eye wòɖe kuku nɛ bena, wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la aɖo goe tso vianyɔnuvi la me. Eye wògblɔ nɛ bena; Na ɖeviwo naɖi ƒo gbɔ; elabena menyo bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o. Ke eya xɔ edzi gblɔ ne bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũvi, siwo le kplɔ̃ te la, ɖua ɖeviwo ƒe abolo wuwluiwo tso. Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia ŋuti la heyi; gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso viwònyɔnuvi la me. Eye esi wòdzo va eƒe me la, ekpɔ ɖevi la mlɔ aba dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go.
”Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe. Eye wòto nya sia na wo faa. Tete Petro de kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ. Ke etrɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wogbe nya na Petro gblɔ bena: Te ɖokuiwò ɖa yi megbenye, Satana! Elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ la ko.
”Eye lãme ɖeka tso ameha la dome ɖo eŋu nɛ bena: Nufiala, mekplɔ vinyeŋutsuvi, si me gbɔgbɔ maƒonu le la, va gbɔwò; eye afisi ke wòlée le la, enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, eye woɖua aɖukli, eye wòɖia ku; megblɔ na wò nusrɔ̃lawo bena, woanyãe ado goe, eye womete ŋui o. Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye! Eye wokplɔe va egbɔ; esi wòkpɔe la, enumake gbɔgbɔ la nyamae, eye wòtsyɔ kplo hele dablibɛ ƒom le futukpɔ ɖem. Eye wòbia fofoa bena: Ɣekaɣi nusia va edzi mahã? Eye wòbena: Tso keke eƒe ɖevime kee. Eye enuenu wòtsɔnɛ ƒua dzo me kple to me, bena yeawui; ke ne ate ŋu awɔ nane la, kpɔ miaƒe nublanui, ne naxa na mi. Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu. Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ bena: Mexɔe se, xɔ na nye maxɔse la! Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o! Eye wòdo go kple ɣlidodo hele enyamam ŋutɔ, eye wòzu abe ɖe woku ene; ale bena ame geɖewo gblɔ bena: Eku. Ke Yesu lé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye wòtsi tre. Eye esi wòva aƒea me la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ biae bena: Aleke wɔ míawo miete ŋu nyae do go o mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Esia ƒomevi la mate ŋu ado go to naneke me o, negbe to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me ko.
”Ke esi Yesu tsi tre le kwasiɖa gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, eɖe eɖokui fia Maria, Magdalatɔ gbã, amesi me wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le.
”Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe. Ke dzesi siawo lakplɔ amesiwo xɔe se la ɖo: Le nye ŋkɔ la me wòanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo.
”Eye Yesu, esi wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, egbugbɔ tso Yordan nu, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi gbedzi, eye Abosam le etem kpɔ ŋkeke blane sɔŋ. Eye meɖu naneke le ŋkeke mawo me o, eye esi ŋkekeawo wu nu la, dɔ wui. Eye Abosam gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe sia, ne wòatrɔ zu abolo. Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe le Mawu ƒe nya sia nya ŋuti.“ Eye esi wòkplɔe yi to kɔkɔa ɖe dzi la, eɖe xexeme fiaɖuƒewo katã fiae le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Eye Abosam gblɔ ne bena: Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana; elabena nyee wotsɔe de asi na, eye matsɔe ana amesi ke melɔ̃. Azɔ wò ta, ne ède ta agu nam la, wo katã lazu tɔwo. Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, naɖe la agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“ Tete wòkplɔe yi Yerusalem, eye wòtsɔe ɖo mawuxɔ ƒe tsutsuẽƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema tsɔ ɖokuiwò xlã ɖe anyi tso afisia: elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò bena, woakpɔ tawò nyuie, eye woƒe asiwò me woatsɔ wò aɖo, bena nagatsɔ wò afɔ axlã de kpea ɖeke o.“ Eye Yesu xɔ edzi nɛ bena: Wogblɔ ɖi bena: „Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!“ Eye esi Abosam wu tetekpɔwo katã nu la, ete ɖa le egbɔ gbɔ.
”eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti, elabena egblɔ nya ŋusẽtɔe. Eye ŋutsua ɖe le ƒuƒoƒe la, amesi me Abosam ƒe gbɔgbɔ bliba le, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe bena: Ago gbɔ, nya kae le mía kpli wò dome, wò Yesu, Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ gea? Menya wò amesi nènye: Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o. Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go.
”Eye esime ɣe le to ɖom la, amesiwo katã si dɔléla bubu ƒomeviwo le la, wotsɔ wo va egbɔ, eye wòda asiwo ɖe wo dome ɖesiaɖe dzi ɖekaɖeka heda gbe wo ŋu. Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.
”eye wòda gbe le amesiwo gbɔgbɔ blibawo le fu ɖem na la ŋu.
”Eye le gaƒoƒo ma dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo kpɔ nu.
”kple nyɔnua ɖewo, amesiwo wòɖe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple dɔlélewo me: Maria, si woyɔna be Magdalene, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le
”Ke lo lae nye esi: Nuku la enye Mawu ƒe nya. Ke esiwo le mɔ to la, woawo nye amesiwo le esem; tete Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yine, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o.
”Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee. Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o. Elabena ede se na gbɔgbɔ bliba la be, wòado go tso ame la me Elabena enyamanɛ enuenu, eye esi wole eŋu dzɔm la, wobiae kple kɔsɔkɔsɔ, eye wode kunyowu eƒe afɔwo, eye wòŋe gãwo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyae ɖe gbe. Eye Yesu biae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eye wògblɔ bena: Legio, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi ɖe eme. Eye woɖe kuku nɛ bena, megade se na yewo be, yewoayi ɖe do globo la me o. Eye aƒeha geɖewo le afima le gbe: ɖum le to la dzi, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe mɔ na yewo be, yewoayi ɖe woawo me. Eye wòɖe mɔ na wo. Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku. Ke esi wo kplɔlawo kpɔ nusi va ve me la, wosi, eye wògblɔe fia le dua me kple agbletawo. Eye wodo go, be woakpɔ nusi va ve me, eye esi wova Yesu gbɔ la, wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, ta ava hele anyinɔƒe le Yesu ƒe afɔ nu, eye eƒe mo ko, eye wovɔ̃. Ke amesiwo kpɔe la, gblɔe na wo, alesi woɖe gbɔgbɔ vɔ̃ to la. Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ. Eye ŋutsu, si me gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo go le la, ɖe kuku nɛ bena, yeana egbɔ; ke edo mɔe gblɔ bena: Trɔ yi aƒewò me, eye naxlẽ nusiwo Mawu wo na wò la afia. Eye wòdzo yi hele gbe ƒã ɖem nusiwo Yesu wo nɛ la, to ɖu blibo la katã me.
”Eye wòyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ kple mɔ wo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã dzi, eye be, woaɖe dɔlélewo ɖa.
”Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso ameha la me do ɣli bena: Nufiala, meɖe kuku na wò be, nakpɔ vinyeŋutsuvi ɖa, elabena nye tenu wònye; eye kpɔ ɖa, gbɔgbɔa ɖe lénɛ, eye kasia wòdoa ɣli, eye wònyamanɛ ale bena, futukpɔ dona le enu, eye bebli hafi wòdzona le edzi, eye wògbãa lãme nɛ bliblibli. Eye meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be, woanyãe do goe, eye womete ŋui o. Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi. Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa. Eye kuvia ɖo wo katã le Mawu ƒe gãnyenye ŋuti. Ke esi wo katã ƒe mo wɔ yaa le nusiwo katã wòwɔ ŋuti la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena:
”Eye ame blaadre la gbugbɔ va kple dzidzɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã doa to mi le wò ŋkɔ la dzi. Eye wògblɔ na wo bena: Mekpɔ Satana abe dzikedzo ene ge tso dziƒo. Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o. Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.
”Eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃ maƒo nu nyãm. Eye wòva ve me, esi gbɔgbɔ vɔ̃ la do go la, ame maƒonu la ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa. Ke wo dometɔa ɖewo gblɔ bena: Enyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi. Eye bubuwo le etem kpɔ hele dzesi dim tso egbɔ tso dziƒo. Ke esi wonyã woƒe tamesusuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si ma ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezu aƒedo, eye xɔ mũ dze xɔ dzi. Eye ne Satana hã ma ɖe ye ŋutɔ ŋuti la, aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ anyii mahã? Elabena miegblɔ bena, menya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo goe to Beelzebul dzi. Eye nye la, ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo goe to Beelzebul dzi la, ekema mia viwo la, ameka dzie woto nyã wo do goe mahã? Le esia ta woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ke ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Mawu ƒe asibide dzi la, ekema mawufiaɖuƒe la ɖi ɖe mi.
”Ne ŋusẽtɔ la ɖo aʋawɔnuwo me hele eƒe mɔ̃ ŋuti dzɔm la, eƒe nuwo nɔa dedie; ke ne ŋusẽtɔ wu eya va dze edzi, eye woɖu edzi la, atsɔ eƒe aʋawɔnu blibo, si ŋu wòle dzi ɖom ɖo la, le egbɔ, eye wòamã eƒe aboyonuwo me. Amesi ke mele dzinye o la, eya tsi tre ɖe ŋunye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, ekana hlẽna. Esi gbɔgbɔ bliba la do go le ame la me la, eyi ɖato ƒuƒuiƒewo le dzudzɔ dim: eye esi mekpɔe o la, egblɔ bena: Magbugbɔ ayi ɖe aƒe, si me metso va la me. Eye esi wòva la, ekpɔe wòle kpɔkplɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ. Tete la wòdzo heyi ɖatsɔ gbɔgbɔ bubu adre, siwo vɔ̃ɖi wu ye ŋutɔ hekpe ɖe eɖokui ŋuti, eye woyi ɖe eme, eye wonɔ afima, eye amesia ƒe anyinɔnɔ mlɔetɔ va vɔ̃ɖi wu gbãtɔ.
”Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si me dɔléamegbɔgbɔa de le ƒe wuienyi, eye wòxa godã, eye metea ŋu koa eɖokui de dzi kulẽ o la, le afima.
”Ke Abraham ƒe vinyɔnu sia, si Satana bla, kpɔ ɖa, ƒe wuienyi sɔŋ la, ɖe medze be, woatui le babla sia me le Sabat ŋkeke dzi o mahã?
”Ke Satana yi ɖe Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Iskariot la me. Eye wòdzo heyi ɖaƒo nu kple nunɔlagãwo kple aʋafiawo, alesi woawɔ aɖe eyama asi na wo.
”Ke Aƒetɔ la gblɔ bena: Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le mia dim, bena yeagbɔ mi, abe alesi wogbɔa lu ene; ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!
”Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.
”Tete mamã gaɖo Yudatɔwo dome le nya siawo ta. Eye wo dome ame geɖewo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, eye eƒe tame da; nukaŋuti miele to ɖomi mahã? Bubuwo gblɔ bena: Nenem nya siawo la menye amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, ƒe nyawo o. Ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋkuwo na ŋkuagbãtɔwo mahã?
”Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,
”Yesu, ɖo ŋu bena: Amesi ke matsɔ alɔgomedede ɖeka asisi detsi nɛ la, eyae. Azɔ esi wòtso alɔgomedede ɖeka sisi detsi la, etsɔe na Yuda Iskariot, Simon vi la. Eye le alɔgomedede la megbe la, tete Abosam yi ɖe eyama me. Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Nusi wɔ ge nala la, wɔe kaba.
”Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã? Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.
”Eye amehawo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem la hã me ƒo ƒu. Eye wotsɔ dɔlélawo kple amesiwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.
”Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu.
”Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.
”Ke afakala Elima (elabena nenema woɖe eƒe ŋkɔ la gɔme) tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòdi bena, yeatrɔ dua me dziɖula atso xɔse la me. Tete la Saul, si woyɔna hã be Paulo, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, lé ŋku ɖe edzi gã gblɔ bena: Oo, abosamvi, wò amesi yɔ fũ kple alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã, dzɔdzɔenyenyewo katã ƒe ketɔ, ɖe midzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔewo tɔtrɔ oa? Eye azɔ la kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe asi ava dziwò, eye wò ŋku agba, eye magakpɔ ɣe o vaseɖe ɣeyiɣia ɖe dzi. Eye enumake afu kple viviti dze edzi, eye wòle asi tsam le amesi alé eƒe alɔnu akplɔe la dim. Tete esi dua me dziɖula kpɔ nusi va ve me la, exɔe se, eye kuvia ɖoe le Aƒetɔ la ƒe nufiafia ŋuti.
”Eye wòva me bena, esime mieyina gbedoɖaƒe la, nyɔnudɔlaa ɖe, si me afakakagbɔgbɔ le la, kpe mí, amesi nana eƒe aƒetɔwo kpɔa viɖe geɖe to nukaka me la. Amesia dze Paulo kple mia yome, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nenem me siawo la, Mawu dzifoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mí. Eye wò wo esia ŋkeke geɖe. Ke esi wòve dome na Paulo la, etrɔ gblɔ na gbɔgbɔ la bena: Mede se na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me bena, nado go le eme! Eye wòdo go le gaƒoƒo ma ke dzi. Ke esi eƒe aƒetɔwo kpɔ bena, woƒe viɖenu, si dzi woɖoa ŋu ɖo la, do go la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi asi me ɖe amegãwo ƒe ŋku me;
”Eye Mawu wo ŋusẽdɔ, siwo mele sue o la, to Paulo ƒe asi dzi, ale bena wotsoa takuwo kple akɔtawuiwo hã doa eŋu hedana ɖe dɔlélawo dzi, eye dɔawo vɔna, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.
”Ke Yudatɔ dzegowo dometɔa ɖewo, amesiwo nye gbesalawo la, te kpɔ de asi Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔyɔyɔ me ɖe amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la dzi gblɔ bena: Meta Yesu, amesi ŋuti Paulo le gbe ƒã ɖem le la, na mi. Ke amesiwo li le nusiawo wɔm la, wonye Yudatɔ, nunɔlagã Skeva fe ŋutsuvi adreawo. Gake gbɔgbɔ vɔ̃ la ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Yesu la medze sii, eye Paulo hã menyae; ke miawo ɖe, amekawo mienyea? Eye amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, dzo kpo dze wo dzi, eye woɖu wo ame eve la dzi, eye wòwɔ fu wo, eye wòde abi wo ŋu, ale bena wosi tso aƒe ma me amama.
”Eye ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye woto dzo wo le wo katã ƒe ŋku me; eye wobu woƒe home, eye wokpɔ klosalo akpe blaatɔ̃.
”eye maɖe wò atso dukɔ la kple trɔ̃subɔla, siwo gbɔ mele dɔwòm ɖo la, si me, be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.
”Elabena menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubua ɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.
”Ke nya ka Mawu ɖo ŋu nɛ mahã? „Mesusɔ ŋutsu akpe adre, siwo medze klo na Baal o la ɖi na ɖokuinye.“
”Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã!
”bene miatsɔ ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.
”Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.
”Hafi boŋ mele gbɔgblɔm bena, nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o; ke nyemele didim bena, miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o. Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?
”bena Satana nagaba mi o, elabena mienya eƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ.
”Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le, amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.
”Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa?
”Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o, ke boŋ ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbaa mɔ̃wo ƒua anyi la, wonye le Mawu ƒe ŋku me — esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye mieɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo;
”Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?
”Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo. Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla. Eyata ne eƒe dɔlawo trɔa wo ɖokui abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo ene la, menye nu gã o; amesiawo ƒe nuwuwu ana ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu.
”hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.
”ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi, menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã,
”esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli le nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu —
”bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la
”Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o; eye migana mɔ Abosam hã o!
”Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu ano te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu; elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem. Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.
”Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi.
”eye wòɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽwo ɖi, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi to me.
”Eyata míedi be, míava mia gbɔ, nye Paulo la zi ɖeka kple zi eve hã: ke Satana xe mɔ na mí.
”Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go, amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu. Alo ɖe mieɖo ŋku edzi bena, esime megale mia gbɔ la, megblɔ nusiawo na mi oa? Eye azɔ la mienya nusi xea mo nɛ, bena woaɖee ɖe go le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi. Elabena sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la le da wɔm ŋusẽtɔe xoxo; ɖeko wòle be, woaɖe amesi le ma xem vaseɖe fifi la da le mo la dzi hafi; eye tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe vava ƒe ɖeɖefia la me. Ame ma ƒe vava lanye le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔm la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lolo, bene woaxɔ wo o.
”Ke nuteƒewɔla enye Aƒetɔ la, amesi ado ŋusẽ mi, eye wòadzra mi ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.
”amesiwo dome Himenaio kple Aleksandro wole, amesiwo metsɔ de asi na Satana, bene wòahe to na wo, be woadzudzɔ busunyagbɔgblɔ.
”Menye amesi ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, bene wòagado eɖokui ɖe dzi, eye wòadze Abosam ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la me o. Ke ele ne be, wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui atso amesiwo le egodo la hã gbɔ, bene wòagadze dzudzu kple Abosam ƒe mɔ̃tetre me o.
”Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia
”Elabena amea ɖewo trɔ xoxo dze Abosam yome.
”Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.
”eye woaganyɔ̃ avo atso Abosam, si lé wo aboyo, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe mɔ me mahĩ.
”Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la,
”Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya.
”Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o. Nunya sia la menye dziƒo wòtso va o; ke anyigbadzitɔe, dzɔdzɔmetɔe, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe.
”Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.
”Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;
”Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃;
”Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae. Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o. Eye kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye mienya nuwo katã. Nyemeŋlɔ ɖo ɖe mi, abe ɖe mienya nyateƒe la ene o, ke boŋ le esi mienyae, eye le esi aʋatsokakaa ɖeke metsoa nyateƒe me o la guti. Amekae nye aʋatsokala, ne menye amesi sẽ nu bena, Yesu menye Kristo o lae oa? Amesi ke gbe nu le Fofo la kple Vi la gbɔ la, eyae nye Kristo ƒe futɔ la.
”Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo. Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso. Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.
”Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.
”Esia me míedze si Mawu ƒe Gbɔgbɔ le: Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si ʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me la, etso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ miese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo.
”Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me.
”Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la. Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si. Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.
”Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.
”Ke Mixael, mawudɔla gã la, esime wòle anuku tsyɔm hele nu ƒom kple Abosam le Mose ƒe kukua ŋuti la, medo dzi gblɔ busufɔbubu ɖe eŋuti o, ke boŋ egblɔ bena: Aƒetɔ la laka mo na wò!
”Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ. Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!
”Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o.
”Ke mele gbɔgblɔm na mi ame mamletɔwo le Tiatira, amesiwo katã melé nufiafia sia me ɖe asi o, amesiwo menya Satana ƒe globoƒewo (abe alesi woyɔnɛ ene) o la: Nyemele agba bubua ɖeke da ge ɖe mia dzi o;
”Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.
”Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpe ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotso aʋli me vudo ƒe safui nɛ. Eye woʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ lu tso vudo la me abe kpodzo gãa ɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti. Eye ʋetsuviwo do go tso dzudzɔ la me ɖe anyigba la dzi, eye wona ŋusẽ wo, abe alesi ŋusẽ le anyigba dzi dziɖegbewo ŋu ene. Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko. Eye wona ŋusẽ wo be, woagawu wo o, ke boŋ bene woawo fu wo ɣleti atɔ̃ sɔŋ; eye woƒe fuwɔwɔ la le abe dziɖegbe ƒe ametete ƒe fuwɔame ene. Eye le ŋkeke mawo me la amewo aɖi ku, eye womele ekpɔ ge o, eye woadi vevie be, yewoaku, eye ku asi le wo gbɔ. Eye ʋetsuviawo ƒe nɔnɔme le abe sɔ, siwo wodzra ɖo hena aʋawɔwɔ ene, eye nane le woƒe ta abe fiakuku, siwo ɖi sika ene, eye woƒe mo le abe amewo ƒe mo ene. Eye taɖa li na wo abe nyɔnuwo ƒe taɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo ƒe aɖuwo ene. Eye akɔtakpoxɔnu le wo si abe gakɔtakpoxɔnu ene, eye woƒe aʋalawo me ƒe ɖiɖi le abe tasiaɖam kple so geɖe, siwo le du sim yina aʋa la ƒe ɖiɖi ene. Eye asike le wo gɔme abe dziɖegbewo ene, eye ti le wo nu, eye woƒe ŋusẽ le woƒe asikewo me, be woawɔ vɔ̃ amewo ɣleti atɔ̃ sɔŋ. Eye fiãa ɖe, si nye aʋli me dɔla la, ɖu wo dzi, eye woyɔ eŋkɔ le Hebri-gbe me be Abadon, eye woyɔnɛ le Hela-gbe me be Apolion (gblẽla).
”Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o.
”Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si ɖo tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo.
”Eye wokpɔ dzesi bubua ɖe le dziƒo, eye kpɔ ɖa, ʋɔ driba dzi gãa ɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye fiakuku adre le eƒe tawo. Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.
”Eye aʋa dzo le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti. Eye mese gbe gãa ɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mia nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe. Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me. Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ, elabena ènyae be, vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.
”Eye esime ʋɔ driba la kpɔ bena, wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu, si dzi ŋutsuvi la yome. Eye wotsɔ hɔ̃ gãa ɖe ƒe aʋala eve na nyɔnu la, bena wòadzo ayi gbedzi ayi ɖe teƒe, afisi woanyii le ɣeyiɣia ɖe kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã tso da la ƒe ŋku me. Eye da la tu tsi tso eƒe nu me ɖe nyɔnua yome abe tɔsisi ene, bene tɔsisi la nalée ayii. Ke anyigba xɔ na nyɔnua, eye anyigba ke nu, eye wono tɔsisi, si ʋɔ driba la tu tso eƒe nu me la. Eye dzi ku ŋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo ɖea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.
”Eye metsi tre ɖe ƒutake la dzi, eye mekpɔ lãa ɖe le ɖoɖom tso atsiaƒu me, eye dzo ewo kple ta adre li nɛ, eye fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe tawo ŋu. Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ. Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka le abe kubi wode eŋu ene, eye wowɔ eƒe kubi la ne wòku; eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa le lã la yome. Eye wode ta agu na nɔ driba la; elabena etsɔ eƒe ŋusẽ na lã la, eye wode ta agu na lã la le gbɔgblɔm bena: Amekae le abe lã la ene, eye amekae ate ŋu awɔ aʋa kplii mahã? Eye wotsɔ nu, si gblɔa nya gãwo kple busunyawo la nɛ, eye wotsɔ ŋusẽ nɛ, be wòanɔ dɔ dzi ɣleti blane vɔ eve Eye wòke nu de asi busunyagbɔgblɔ me de Mawu ŋuti, be yeado busu eƒe ŋkɔ kple eƒe agbadɔ kpakple amesiwo nɔa dziƒo. Eye wona ŋusẽe, be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye ne wòaɖu wo dzi, eye wona ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple trɔ̃subɔlawo katã dzi. Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe. Amesi to li na la, nesee! Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.
”Eye mekpɔ lã bubua ɖe le ɖoɖom tso anyigba me, eye dzo eve li nɛ abe alẽvi tɔ ene, eye wòƒo nu abe ʋɔ driba la ene. Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la. Eye wòwɔ dzesi gãwo bena, wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me. Eye woble anyigbadzinɔlawo de dzesi, si wotsɔ nɛ, be wòawɔ le lã la ƒe ŋku me la ŋuti hele gbɔgblɔm na anyigbadzinɔlawo bena, woawɔ legba de lã, si ŋu wode abii kple yi, eye wòle agbe la ƒe nɔnɔme me nɛ. Eye wona ŋusẽe, be wòatsɔ gbɔgbɔ na lã la ƒe legba, bena lã la ƒe legba naƒo nu hã, eye wòawɔ bena, woawu ame geɖe, alesi nu medze klo subɔ lã la ƒe legba o. Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu, bena amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko. Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.
”Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me. Eye woƒe fu wowɔ ƒe dzudzu la tu le dziƒo yim tso mava me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.
”Eye mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã la ƒe zikpui dzi, eye eƒe fiaduƒe do viviti, eye woɖu ade le fukpekpe la ta,
”Eye mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃, siwo le abe akpɔkplɔwo ene la, do go tso ʋɔ driba la kple lã la kpakple aʋatsonyagblɔɖila ƒe nu me: elabena wonye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ, siwo nɔa dzesiwo wɔm, eye wonɔa xexeame katã ƒe fiawo gbɔ yim, bena woaƒo wo nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.
”Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka ƒo nu kplim gblɔ bena: Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ na tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò; amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la, Eye wòkplɔm heyi gbedzi le gbɔgbɔ me, eye mekpe nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ lã dzẽa de, si ta adre kple dzo ewo li na, eye busuŋkɔwo le eŋuti fũ la dzi. Eye nyɔnu la do aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwɔ leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo, eye sikakplu, si me yɔ fũ kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye la, le esi. Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada. Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ. Eye mawudɔla la gblɔ nam bena: Nukaŋuti wò mo wɔ yaa ɖo mahã? Magblɔ nyɔnu la kple lã, si le etsɔm, eye ta adre kple dzo ewo li nɛ la, ŋu nya ɣaɣla afia wò.
”Lã, si nekpɔ la, enɔ anyi, eye megali o, eye wòle dodo ge atso aʋli me, eye wòayi ɖe gbegblẽ me. Eye ne anyigbadzinɔla, siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, akpɔ lã la ɖa, alesi wònɔ anyi, eye megali o, eye wòagava la, woƒe mo awɔ yaa. Afii gɔmesese, si me nunya le la, hiã le: Ta adreawo nye to adre, siwo dzi nyɔnu la bɔbɔ nɔ, eye wonye fia adre: Wo ame atɔ dze anyi, eye ɖeka ti, mamletɔ la meva haɖe o, eye ne eva la, ele ne be, wòanɔ anyi ʋee ko. Eye lã, si nɔ anyi, eye megali o la, eya ŋutɔ hã enye enyilia, eye wònye adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe gbegblẽ me. Eye dzo ewo, si nekpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka. Nenem me siawo la tameɖoɖo ɖeka li na wo, eye wotsɔ woƒe ŋutete kple ŋusẽ na lã la.
”Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo. Eye wògblɔ nam bena: Tsi, siwo nèkpɔ, siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ la, wonye dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo. Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ. Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu. Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.
”Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza.
”Eye mekpɔ lã la kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo ƒo wo ɖokui nu ƒu, be yewoawɔ aʋa kple amesi le sɔ dzi la kple eƒe aʋakɔ la. Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe. Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.
”Eye mekpɔ mawudɔla ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gãa ɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi via ɖe.
”Eye ne ƒe akpe ɖeka la nu va yi la, woatu Satana le gaxɔa me, eye wòado go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ. Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lolo la ŋu, eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo.
”Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
”