28 – Mawudɔlawo
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Mawudɔlawo.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Mawudɔlawo.
Yehowa ƒe ɖɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.
”Ke mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpɔ bena: „Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui“ mahã? Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?
”Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.
”Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.
”Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Mawɔ wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ŋutɔ, ale bena le woƒe agbɔsɔsɔ ta womate ŋu axlẽ wo o. Yehowa ƒe dɔla la gagblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Ismael; elabena Yehowa se wò konyi, si nèfa le wò fukpekpe la ŋuti Awɔ nu abe lu ene, akɔ asi dzi ɖe amesiame ŋu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe eya hã ŋu, eye wòatigi nɔvia wo katã ɖo.
”Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me. Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.
”Eye wotsɔ ŋkuagbã ƒo ŋutsu, siwo le xexe le ʋɔtrua nu, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ale bena ɖeɖi koe te wo ŋu dzodzro le ʋɔtrua nu didi me. Eye ŋutsuawo gblɔ na Lot bena: Amea ɖewo gale asiwò le afisia? Kplɔ towòwo kple viwònyɔnuwo kple tɔwo to, siwo katã le dua me la, do go tso teƒe sia. Miele teƒe sia tsrɔ̃ ge, elabena dodo ɖe wo ta ɖi ɖe Yehowa ƒe to me; eyata Yehowa ɖo mí ɖa, bena míatsrɔ̃e. Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae. Esi dzite tso la, mawudɔlawo ƒo du ɖe Lot te gblɔ bena: Tso nakplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eve, siwo le gbɔwò la, ne màgatsrɔ̃ le ɖu la ƒe vodada ta o!
”Tete Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo gblɔ bena: Abraham, Abraham! Eye wòtɔ bena: Nye enye si! Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.
”Eye Yehowa ƒe dɔla gayɔ Abraham zi evelia tso dziƒo hegblɔ bena: Mefa ɖokuinye, elabena esi nèwɔ nu sia, eye mete wò tenuvi ɖeka lam o la, eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee. To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.
”Eye wòku drɔ̃e kpɔ atsrɔea ɖe tɔ anyigba, eye eƒe nugbɔ de dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo le eflɔm le dzi yim gale ɖiɖim.
”Eye mawudɔla gblɔ nam le drɔ̃e me bena: Yakob! Meɖo ŋu bena: Nye enye si!
”Ke Yakob hã dze eƒe ma dzi, eye mawudɔlawo va do goe. Eye esi Yakob kpɔ wo la, egblɔ be Mawu ƒe asaɖa enye esia! Eyata wòyɔ teƒe ma be Maxanaim.
”Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋuvea ɖe me. Esi wòlé ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ bena, ŋuve la le bibim, gake mele fiafiãm o. Tete Mose gblɔ bena: Mate ɖe eŋu, ne makpɔ nukpekpe gã sia ɖa, nusi ŋuti ŋuve la mele fiefiẽm o ɖo.
”Tete mawudɔla, si le Israel ƒe aʋakɔa ŋgɔ la, dzo yi ɖe wo megbe; eye alilikpo dodo la dzo le wo ŋgɔ yi wo megbe. Eye wònɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aʋakɔ la dome, eye alilikpo la do viviti ɖe Egiptetɔwo, eye wòklẽ na Israel-viwo le zã la me, ale bena wo dometɔa ɖeke mete ɖe nɔvia ŋu zã blibo la katã o.
”Kpɔ ɖa, medɔ nye dɔla ɖo ɖe ŋgɔwò, bena wòakpɔ dziwò le mɔ ta, eye woakplɔ wò ava teƒe, si medzra ɖo ɖi na wò la.
”Ne nye ɖɔla dze ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò va Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo la,
”Eye natsɔ sika atu Kerubi eve ɖe nutsyɔnu la ƒe goawo kple eve dzi. Wɔ Kerubi ɖeka ɖe go si dzi, eye Kerubi evelia ɖe go keme dzi; ale Kerubiawo kple eve nanɔ go eveawo dzi. Eye Kerubiawo naklẽ aʋala aɖo ta dzi, ale be woƒe aʋalawo nabi ɖe nutsyɔnu la dzi; wòadze ŋgɔ wo nɔewo, eye woade mo to ɖe nutsyɔnu la dzi. Eye natsɔ nutsyɔnu la aɖo aɖaka la tame, ke natsɔ se, siwo mana wò la, ade aɖaka la me. Kerubi eve, siwo le nubablaɖaka tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye magblɔ nya, siwo katã made asi na Israel-viwo la na wò tso afima.
”Heyi ko, eye nakplɔ dukɔ la ayi teƒe, si megblɔ na wò la, eye nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake ne nye toheɣi ɖo la, maxe woƒe nuvɔ̃wo ŋuti fe na wo.
”Madɔ dɔla ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Kanaanitɔwo, Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo,
”Ne Mose yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, bena yeaƒo nu kplii la, ekema esea gbea ɖe tso Kerubi eveawo dome le nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa tame la dzi: afisiae wòƒoa nu kplii le.
”Eye mieɖo ɣli na Yehowa, eye wose míaƒe gbe hedɔ mawudɔlaa ɖe ɖa wòkplɔ mi tso Egipte; azɔ miele Kades, du, si le wò liƒo ŋu la me.
”Ke esi wòyi la, Mawu do dɔmedzoe, eye Yehowa ƒe dɔla va tso mɔ nɛ, bena woatsi tre ɖe eŋu. Eya ŋutɔ do tedzinɔ, eye eƒe subɔla eve kpe ɖe eŋu. Eye tedzinɔ la kpɔ alesi Yehowa ƒe ɖɔla tsi tre ɖe mɔ dzi di yi ɖe asii, eyata wòdze le mɔ dzi ɖe gbe me. Ke Bileam ƒo tedzi la, be wòagatrɔe va mɔ dzi. Emegbe Yehowa ƒe dɔla va tsi tre ɖe weinbɔwo ƒe kpɔdomee mɔ, si ƒe akpawo kple eve gli le la dzi. Esi tedzinɔa kpɔ Yehowa ƒe dɔla la, edze ɖe gli ŋu, eye wòmimi Bileam ƒe afɔ ɖe gli ŋu; eyata wògaƒoe ke. Eye Yehowa ƒe ɖɔla la gayi ŋgɔ va tsi tre ɖe teƒe xaxɛa ɖe, afisi mɔa ɖeke mele be, wòadze ɖe ɖusi alo mia me o. Esi tedzinɔ la kpɔ Yehowa ƒe dɔlaa la, etsyɔ akɔ anyi ɖe Bileam te. Tete Bileam do dɔmedzoe, eye wòƒo tedzinɔ la kple ati. Eye Yehowa ʋu nu na tedzinɔ la wògblɔ na Bileam bena. Nuka mewo wò, hafi nèƒom zi etɔ̃ sɔŋ? Bileam ɖo ŋu na tedzinɔ la bena: Esi nedo tsukunɔm ta! Ɖe wònye yie le asinye la, ne mewu wò gɔ̃! Tedzinɔ la gblɔ na Bileam bena: Menye nyee nye wò tedzinɔ, si nèdo le wò agbe me ŋkekewo katã me va do egbee oa? Alo mewɔ ale nu ɖe ŋuwò kpɔa? Eɖo ŋu be: Kpao!
”Eye Yehowa ʋu Bileam ƒe ŋkuwo wòkpɔ, alesi Yehowa ƒe dɔla tsi tre ɖe mɔ dzi ɖi yi ɖe asi. Tete wòde ta agu hetsyɔ mo anyi. Eye Yehowa ƒe dɔla gblɔ ne bena: Nukaŋuti nèƒo wò tedzinɔ la zi etɔ̃ sɔŋ? Evɔ wònye nyee tsi tre ɖe ŋuwò hafi; elabena afɔ, si dzi nèle la, evlo le ŋkunye me. Tedzinɔ la kpɔm, eyata wòdze ɖe aga le ŋkunye me zi etɔ̃ sɔŋ. Ɖe menye eyae dze ɖe aga o la, anye ne mewu wò kokoko ahagblẽ eya ɖe agbe. Bileam ɖo ŋu na Yehowa ƒe ɖɔla la bena: Mewɔ nuvɔ̃, elabena nyemenyae be, wòe tsi tre ɖe ŋunye le mɔ dzi o. Eyata ne medze ŋuwò o la, ekema magbugbɔ. Yehowa ƒe dɔla la gblɔ na Bileam bena: Yi kple ŋutsuawo; gake nya, si mato na wò la, eya ko nagblɔ! Ale Bileam yi kple Balak-ŋu megãwo.
”Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea? Eɖo ŋu be: Gbeɖe, ke boŋ Yehowa ƒe aʋafia menye; azu medo enye si! Tete Yosua tsyo mo anyi hede ta agu, eye wòbiae bena: Nya ka le nye aƒetɔ si na eƒe dɔla? Yehowa ƒe aʋafia la gblɔ na Yosua bena: Ɖe wò atokota le afɔ, elabena teƒe, si nèle tsitre ɖo la, teƒe kɔkɔe! Tete Yosua wo nenema.
”Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, tete dukɔ la fa avi hoo;
”Dziƒo wotso wɔ aʋa la, ɣletiviwo nɔ woƒe mɔwo dzi wɔ aʋa kple Sisera.
”Eye Yehowa ƒe ɖɔla ɖo ɖe edzi gblɔ nɛ bena: Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!
”Eye Yehowa ƒe dɔla la tsɔ atikplɔ, si le esi la nu tɔ lã kple tatali maʋamaʋã la dzi, enumake dzo do tso agakpe la me hefiã lã kple tatali maʋamaʋã la, eye Yehowa ƒe dɔla la bu vi le eƒe ŋku me. Esi Gideon kpɔ bena, Yehowa ƒe dɔlae la, egblɔ bena: Alele, Aƒetɔ Yehowa! Elabena mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋku me kple ŋku me.
”Tete nyɔnu la yi ɖagblɔ na srɔ̃a bena: Mawu ƒe amea ɖe va gbɔnye, ele abe mawudɔla ene, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, ke nyemebia afisi wòtso o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.
”Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle nye ŋkɔ, si nye nukunu la, ta biam? Tete Manoax lé gbɔ̃vi hekpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu, eye wosa vɔ le agakpea ɖe dzi na Yehowa. Eye wòwɔ nukunu Manoax kple srɔ̃a wokpɔ. Esi dzo ƒe aɖewo de dzi le vɔsamlekpuia dzi la, Yehowa ƒe dɔla to vɔsamlekpui la ƒe dzo ƒe aɖeawo me yi dzi Manoax kple srɔ̃ wokpɔ. Tete wotsyɔ mo anyi.
”Eye Yehowa na dɔvɔ̃ ɖo Israel dome tso ŋdi vaseɖe ɣeyiɣi, si woɖo la dzi; eye ame akpe blaadre ku le dukɔ la dome tso Dan vaseɖe Beer-Seba. Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖe Yerusalem dzi, be yeagblẽe la, vɔ̃ la ve Yehowa, eye wògblɔ na mawudɔla, si le nu gblẽm le dukɔa dome la bena: Esɔ gbɔ! Azɔ ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Eve Yehowa ƒe dɔla la le Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe gbɔ. Esi Dawid kpɔ mawudɔla, si la ame wum le dukɔa dome la, egblɔ na Yehowa bena: Kpɔ ɖa, nyee wɔ nuvɔ̃, eye meda vo; ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Wò asi neva mia kple fofonye ƒe aƒe dzi boŋ!
”Eye esi wòmlɔ anyi dɔ alɔ̃ ɖe dzoŋgbalẽtia te la, kpɔ ɖa, mawudɔlaa ɖe va ʋuʋui gblɔ ne bena: Fɔ naɖu nu! Esi wòfɔ kɔ la, kpɔ ɖa, tatali tɔtɔe kple tsigoe le eƒe tade, eye woɖu nu no nu gamlɔ anyi. Yehowa ƒe dɔla la gava zi evelia, eye wòʋuʋui gblɔ bena: Fɔ naɖu nu, elabena wò mo didi akpa! Tete wòtsi tre ɖu nu no nu, eye nuɖuɖu sia do ŋusẽe wòzɔ ŋkeke blane kple zã blane vaseɖe Mawu ƒe to Xoreb gbɔ.
”Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.
”Eye Yehowa ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu kple Eliya bena: Yi kplii, megavɔ̃ o. Tete wòtso, eye eya kplii woyi fia la gbɔ.
”Esime wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwo va klã woa kple eve la dome, eye Eliya to ahom me yi dziƒo. Ke esi Elisa kpɔe la, edo ɣli be: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo! Eye megakpɔe o. Tete wòlé eƒe awuwo hedze wo ɖe akpa eve me.
”Eye Elisa do gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ʋu eƒe ŋkuwo, ne woakpe nu! Tete Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ nu, eye kpɔ ɖa dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le to la ŋu kpaŋkpaŋ ƒo xlã Elisa.
”Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.
”Eye wòva me le zã ma me be, Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Esi wofɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ koe li.
”Tete Yehowa na dɔvɔ̃ va Israel, eye ame akpe blaadre ku le Israel. Eye Mawu dɔ dɔlaa ɖe ɖo ɖe Yerusalem, be wòaɖagblẽe. Ke esi wòde asi nugbegblẽ me la, Yehowa kpoe, eye vɔ̃ la vee, eye wògblɔ na dɔla, si le nu gblẽm la bena: Esɔ gbɔ azɔ, ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Yehowa ƒe dɔla la tsi tre ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔ ƒe gbɔ. Ke esi Dawid fa ko dzi, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dɔla la le dziƒo kple anyigba dome, eye wòdi eƒe yi do ɖe Yerusalem dzi la, Dawid kple ame tsilsiwo ta akpanya, eye wode ta agu.
”Ke ɣemaɣi Yehowa ƒe nɔƒe, si Mose wo le gbe dzi kple numevɔsamlekpui la nɔ vɔsaƒe le Gibeon. Gake Dawid mete ŋu yi egbe, be yeabia gbe Mawu ase o, elabena Yehowa dɔla ƒe yi la tso dzika ƒo nɛ.
”Ekpa Kerubi eve ɖe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la me, eye wòfa sika ɖe wo ŋu. Kerubiawo ƒe aʋalawo didi abɔklugui blave; ɖeka ƒe aʋala ɖeka le abɔklugui atɔ̃, eye wòtɔ Kerubi evelia ƒe aʋala.
”Kerubiawo keke aʋala ɖe aɖaka la nɔƒe, ale be Kerubiawo tsyɔ aɖaka la kple eŋu kpoawo dzi tso dzi gome.
”Ke fia Xizkiya kple nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, wodo gbe ɖa le nya sia ta, eye woɖo ɣli ɖo ɖe dziƒo. Tete Yehowa dɔ dɔlaa ɖe ɖa wòva tsrɔ̃ ŋutsu kalẽtɔwo katã, aʋakplɔlawo kple amegãwo le Asur-fia ƒe asaɖa la me, eye wògbugbɔ yi eƒe anyigba dzi kple ŋukpe. Eye esi wòyi eƒe mawuwo ƒe me la, eya ŋutɔ ƒe alimeviwo va dzae kple yi ɖe afima.
”Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.
”Eye wòva me gbe ɖeka be, esi mawuviwo va tsi tre ɖe Yehowa ŋku me la, Satana hã le wo dome va.
”Eye wòva me gbe ɖeka, esi mawuviwo va tsi tre ɖe Yehowa ŋku me la, Satana hã le wo dome va tsi tre de Yehowa ŋku me.
”esime ŋukeɣletiviwo katã le aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔa?
”nuka nye amegbetɔ, be néɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be néléa ŋku ɖe eŋu? Esusɔ vie, nena wòsɔ kple Mawu kloe, eye netsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ.
”Yehowa ƒe ɖɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.
”Woana abe tsro le ya nu ene, eye Yehowa ƒe dɔla atutu wo ɖa. Woƒe mɔ dzi nedo viviti, edzi neɖiɖi, eye Yehowa ƒe dɔla neti wo yome! Elabena yakatsyɔ woɖo dɔ de ŋunye, eye yakatsyɔ woɖe ʋe na nya luʋɔ.
”Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.
”eye mana dza, ne woaɖu; ẽ, dziƒobli wòna wo, mawudɔlawo ƒe abolo amegbetɔ ɖu, eye wòna nuɖudu woɖu ɖi ƒo.
”Eɖo eƒe dɔmedzoe heliheli, nyanyrã, dziku kple xaxa ɖe wo, siwo nye dɔla vɔ̃ɖiwo ƒe ha.
”Elabena adɔ eƒe dɔlawo ɖe ŋuwò, ne woakpɔ tawò le wò mawo katã dzi. Asi me woakɔ wò ɖo, ne màgatsɔ wò afa axlã ɖe kpea ɖeke o.
”Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.
”Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe! Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã, mi eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu!
”Etsɔa ya wɔa eƒe dɔlawoe kple dzo flafla wɔa eƒe subɔlawoe.
”Mikafui, mi eƒe dɔlawo katã, mi eƒe aʋakɔwo katã, mikafui!
”Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ. Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee. Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi! Ɣlidola la ƒe gbe na kpuiawo ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ xɔ la taŋ. Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot. Tete Serafiwo dometɔ ɖeka dzo va gbɔnye, eye wòlé kpe xɔdzo hẽ, si wotsɔ abe ɖe le vɔsamlekpuia me la, ɖe asi; eye wòtsɔe lili nu nam gblɔ bena: Kpɔ ɖa, esia ka nuyi ŋu na wo, wò vodadawo ɖe ɖa, eye wòlé avu wò nuvɔ̃wo.
”Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu, wò amesi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
”Makpɔ du sia ta, eye maɖee le nye ŋutɔ kple nye dɔla Dawid ta. Tete Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wòtɔ le ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wo katã wòzu ame kukuwo sɔŋ.
”Meɖo ŋku anyi, eye kpɔ ɖa, ahom tu tso anyiehe, alilikpo gãa ɖe bia kɔtɔɔ, keklẽ ƒo xlã alilikpo gãa ɖe, eye dzobabla kɔtɔɔ le eme; nane le dzedzem le dzo la titina abe sika, si me kɔ keŋkeŋ ene; nu gbagbe ene do tso eme, eye woƒe nɔnɔme enye si: Woɖi amegbetɔ, ɖesiaɖe to mo ene, eye aʋala ene li na wo dometɔ ɖesiaɖe, woƒe atatiwo dze ti, woƒe afɔƒome le abe nyivi tɔ ene, eye wole dzo dam kaŋkaŋ abe ayawa ene. Amegbetɔ ƒe asi li na wo le woƒe aʋalawo te le go eneawo dzi; mowo kple aʋalawo li na wo ame eneawo; woƒe aʋalawo kpe wo nɔewo, eye ne wole azɔli dzi la, wometrɔa kɔ o; wo dometɔ ɖesiaɖe léa eƒe mɔ te. Woƒe mo ɖi amegbetɔ ƒe mo le ŋgɔ, wo ame enea to dzata ƒe mo ɖe ɖusi me, wo ame enea to nyitsu ƒe mo ɖe mia me, eye wo ame enea to hɔ̃ ƒe mo ɖe megbe, esia nye woƒe mowo. Woklẽ woƒe aʋala wo ɖo ta dzi me, ɖesiaɖe tsɔ eve ƒo go nɔvia, eye wotsɔ eve tsyɔ ŋuti. Ne wole yiyim la, wo dome ɖesiaɖe kpɔa eŋgɔ tẽ; afisi gbɔgbɔ la ɖo wo ɖo la, afima woyina, eye ne wole azɔli dzi la, wometrɔa kɔ o. Eye nane le nu gbagbeawo domee le abe dzoka ene hele bibim abe akakati ene, dzo la le faflam le nu gbagbeawo domee, eye eme kɔ keŋkeŋ, eye dzikedzo do tso dzoa me. Eye nu gbagbeawo le du dzi tso afi yi afi abe dzikedzo ene.
”Esi meɖe ŋku ɖe nu gbagbeawo la, kpɔ ɖa, tasiaɖamfɔ le nu gbagbeawo xa le anyigba le woƒe ŋgɔdze eneawo katã. Tasiaɖamfɔawo ƒe dzedzeme le abe adzagba wotsɔ wɔ wòe ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo, woƒe dzedzeme kple woƒe wɔwɔme sɔ abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le nɔvia me ene. Wozɔna ɖe woƒe go eneawo me, eye ne wole yiyim la, wometrɔna o. Wo meɖotiwo la, gãnyenye kple ŋɔdzi wonye, eye ŋku le wo ame eneawo katã meɖotiwo ŋu godoo. Ne nu gbagbeawo le azɔli dzi la, tasiaɖamfɔawo nɔa yiyim le wo xa, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokui dzi tso anyigba la, tasiaɖamfɔawo hã kɔa dzi. Afisi gbɔgbɔ la ɖo wo ɖo la, afima woyina, eye tasiaɖamfɔawo kɔa wo ɖokui dzi kpena ɖe wo ŋu; elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le tasiaɖamfɔwo me. Ne woɖe zɔ la, tasiaɖamfɔawo hã ɖea zɔ, ne wòtɔ la, wotɔna, eye ne wokɔ wo ɖokui tso anyigba la, woawo hã kɔa wo ɖokui dzi; elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le tasiaɖamfɔawo me.
”Eye nane le nu gbagbeawo ta me abe dziŋgɔli ene hele dzo sim abe kpe ɣi ene, eye wòkeke ɖe wo ta me le dziƒo gome. Woklẽ aʋala eveve ɖatɔ wo nɔewo le dziŋgɔli la te, eye ɖesiaɖe tsɔ eve tsyɔ ŋuti. Eye esi wole yiyim la, mese woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ, abe ŋusẽkatãtɔ ƒe gbeɖeɖe kple aʋakɔwo ƒe ɣlidodo ene, eye ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi. Eye gbea ɖe ɖi le dziŋgɔli, si le wo ta me la dzi; ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi.
”kple nu gbagbeawo ƒe aʋala, siwo le wo nɔewo kam ƒe ɖiɖi hekpe ɖe tasiaɖamfɔawo ƒe ɖiɖi kpakple anyigbaʋuʋu gãa ɖe ŋu.
”Eye meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane ɖi fiazikpui do ɖe dziŋgɔli, si le Kerubiawo ta me la dzi le dzedzem abe gbloti ene. Eye wògblɔ na ŋutsu, si ta aklala bena: Yi ɖe tasiaɖam, siwo le Kerubiawo gome la domee, eye naku dzo asiʋlo ɖeka le Kerubiawo domee akɔ ɖe dua dzi! Eye wòyi mekpɔ. Kerubiawo le tsitre ɖe xɔ la ƒe ɖusi me gome, esime ŋutsu la yi, eye alilikpo yɔ xɔxɔnu metɔ fũ. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho dzo le Kerubiawo dzi yi xɔ la ƒe kpui nu, eye alilikpo yɔ xɔ la taŋ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la fũ. Eye wose Kerubiawo ƒe aʋala ƒe ɖiɖi le xɔxɔnu kɔtoetɔ ke abe Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne ele nu ƒom ene. Eye esi wòde se na ŋutsu, si ta aklala, gblɔ bena: yi nade dzo le tasiaɖamfɔawo me le Kerubiawo domee la, eyi ɖatsi tre ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka xa. Tete Kerubia ɖo asi ɖe Kerubiawo domee heɖe dzo, si le Kerubiawo dome la, de asi na ŋutsu, si ta aklala la, eye wòxɔe hedzo. Nane dze le Kerubiawo ŋu abe amegbetɔ ƒe asi ene le woƒe aʋalawo te.
”Eye meɖo ŋku anyi, kpo ɖa, tasiaɖamfɔ ene le Kerubiawo xa, tasiaɖamfɔ ɖeka le Kerubi ɖeka xa, eye tasiaɖamfɔ ɖeka le Kerubi bubu xa; tasiaɖamfɔawo le dzedzem abe adzagba ene. Nɔnɔme ɖeka li na wo ame eneawo katã, eye wòle abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le bubu me ene. Ne wole yiyim la, wozɔna ɖe woƒe axa eneawo dzi, eye wometrɔna, ne wole azɔli dzi o, elabena afisi ŋgɔgbetɔ ɖo tae la, afima wokplɔnɛ ɖo yina, eye wometrɔna, ne wole azɔli dzi o. Ŋkuwo yɔ woƒe ƒodo blibo la kple woƒe megbe, woƒe asiwo kple woƒe aʋalawo kpakple woƒe tasiaɖamfɔ eneawo katã ŋu godoo va kpe. Woyɔ tasiaɖamfɔawo be „yali“ mese. Mo ene li na wo dometɔ ɖesiaɖe; mo gbãtɔ nye Kerubi ƒe mo, mo evelia nye amegbetɔ ƒe mo, etɔ̃lia nye dzata ƒe mo, eye enelia nye hɔ̃ ƒe mo. Eye Kerubiawo ka wo ɖokui dzi; woawoe nye nu gbagbe, siwo mekpe le Kebar-tɔsisi la nu. Ne Kerubiawo le yiyim la, tasiaɖamfɔawo nɔa zɔzɔm le wo xa, eye ne Kerubiawo ƒo aʋala, be wòakɔ wo ɖokui dzi tso anyigba la, tasiaɖamfɔawo metena ɖa le wo xa o; ne wotɔ la, woawo hã tɔna, eye ne wokɔ wo ɖokui dzi la, woawo hã kɔa wo ɖokui dzi, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le wo me.
”Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le xɔ la ƒe kpui nu yi ɖanɔ Kerubiawo ta me. Tete Kerubiawo ƒo aʋala hekɔ wo ɖokui dzi tso anyigba le ŋkunye me; esi woho la, tasiaɖamfɔawo hã kpe ɖe wo ŋu, eye wova tɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo nu le ɣedzeƒe gome, eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la le wo ta me. Woawo nye nu gbagbe, siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la gɔme le Kebar-tɔsisi la nu; azɔ medze sii be, Kerubiwo wonye. Ɖesiaɖe to mo ene, aʋala ene li na ɖesiaɖe, eye nane ɖi amegbetɔ ƒe asi le woƒe aʋalawo te. Woƒe mowo ƒe nɔnɔme enye mo, siwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu; wo dome ɖesiaɖe ɖoa ta eŋgɔ tẽ.
”Tete Kerubiawo ƒo aʋala, eye tasiaɖamfɔawo kpe ɖe wo ŋu, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le wo ta me.
”Ŋutsu etɔ̃awo Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wole babla wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. Tete fia Nehukadnezar ƒe nu ku, eye wòtso zi ɖeka kplà gblɔ na eƒe adaŋudelawo bena: Ɖe menye ŋutsu etɔ̃e míebla tsɔ ƒu gbe de dzoa me oa? Woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ẽ, fia! Exɔ edzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mele ŋutsu ene kpɔm, ka tu le wo ŋu, eye wole tsatsam le dzoa me, eye womexɔ abi o; enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi la ene. Tete Nehukadnezar te ɖe kpodzo bibi la ŋu hexɔ edzi gblɔ bena: Sadrax, Mesax kple Abed-Nego, mi dziƒoʋĩtɔ la viwo, mido va! Enumake Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wodo tso dzoa me. Eye amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo kple fia ƒe adaŋudelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye wode ŋku ɖe ŋutsuawo hekpɔ be, dzo mewɔ naneke ŋuli na wo o, eye woƒe taɖa mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu o. Tete Nehukadnezar xɔ edzi gblɔ bena: Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòade eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasuhɔ mawu bubua ɖeke alo aɖo gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o.
”Eye meɖo ŋku anyi le ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi la me, kpɔ ɖa, dzɔla kɔkɔea ɖe ɖi tso dziƒo
”Esia nyee dzɔlawo ƒe tameɖodo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo ado wo nu.
”Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo, be womewɔ nanekem o, elabena nyemeɖi fɔ le eŋku me o, eye nyemeɖi fɔ le wò fia ŋku me hã o.
”Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.
”Eye mese amegbetɔ ƒe gbe le Ulai titina wògblɔ bena: Gabriel, ɖe ŋutega la gɔme na ame sia! Eva afisi metsi tre ɖo, eye esi wova la, dzidzi ƒom metsyɔ mo anyi. Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ƒu to anyi, ŋutega sia la, nuwuɣi ŋu wòle ɖo.
”esi megale gbe dom ɖa la, ŋutsu Gabriel, si mekpɔ le ŋutega me tsã la, dzo va gbɔnye le flẽvɔsaɣi. Efia num gblɔ bena: Daniel, ɖe meva be, mafia nu wò.
”Kpɔ ɖa, asia ɖe va ka ŋunye, eye wòfɔm ɖe nye klo kple asi dzi. Eye wògblɔ nam bena: Wò Daniel, ame malɔ̃nugbɔa, lé to ɖe nya, si gblɔ ge, mala na wò la ŋu, eye natsi tre: ɖe tewòƒe, elabena azɔ wodɔm ɖe gbɔwò! Eye esi wògblɔ nya sia nam le metsi tre ɖi hele dzodzom nyanyanya. Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va. Persia-flaɖuƒe la ƒe amegã nɔ te ɖe nunye ŋkeke blavevɔ ɖekɛ sɔŋ, eye Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka, va xɔ nam, eye megblẽe ɖe Persia-fiawo gbɔ le gama. Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo.
”Eye esi wògblɔ nya siawo nam la, meɖe kɔ to, eye gbɔgblɔ bu ɖem. Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye. Aleke nye aƒetɔ ƒe dɔla ate ŋu aƒo nu kple ame abe wo, nye aƒetɔ, ene? Elabena azɔ ŋusẽ vɔ le ŋunye, eye gbɔgbɔa ɖeke megale menye o. Tete nɔnɔme, si ɖi amegbetɔ la, gaka asi ŋunye, eye wodo ŋusẽm hegblɔ bena: Ame malɔ̃nugbɔa, megavɔ̃ o, ŋuwò nefa, sẽ ŋu, eye nalé dzi de ƒo! Eye esi wòƒo nu kplim, la, agbe do ŋunye, megblɔ bena: Nye aƒetɔ neƒo nu, elabena èdo ŋusẽm! Tete wògblɔ bena: Enye nusi ta meva gbɔwò doa? Azɔ magbugbɔ aɖawɔ ana kple Persia-amegã, eye ne medze la, ekema Hela-amegã le vava ge. Ke magblɔ nusi woŋlɔ ɖe nyateƒe-gbalẽ me la, na wò; amea ɖeke made dzinye ɖe wo ŋu o, negbe mlaƒe amegã Mixael ko.
”Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.
”Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe! Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o. Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o. Woƒe mo le abe sɔwo ƒe mo ene, eye wole du dzi abe sɔɖolawo ene. Wole kpo dim le towo ta me abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ene; wole zi nyẽm, abe alesi dzo fiãa gbe ƒuƒui ene, eye wodze aʋa abe aʋakɔ gãa ɖe ene. Dukɔwo dzo nyanyanya le eŋgɔ, eye mowo katã fu tititi. Wole du dzi abe kalẽtɔwo ene, eye wole gli liam abe aʋamewo ene, wo dometɔ ɖesiaɖe lé eƒe mɔ tsɔ, eye womeɖɔa li woƒe toƒewo o. Wo dometɔa ɖeke memimi nɔvia ɖo o, amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; wode ta aŋutrɔwo me, ke womexɔ abi o. Wole tsa glãla tsam le dua me, eye wole du ƒum le gli dzi, woge ɖe xɔwo me, eye wòto fesrenu ge ɖe eme abe fiafitɔ ene. Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi. Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
”Le za me la mekpɔ ŋutega, eye kpɔ ɖa, ŋu-tsua ɖe do sɔ dzĩa ɖe, eye wòtɔ ɖe gbemiti, siwo le bali me la domee, eye sɔ, siwo le dzie, hẽ kple ɣle la, le emegbe. Tete me-gblɔ bena; Nye aƒetɔ, amekawoe nye esiawo? Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim la, gblɔ nam bena: Magblɔ amesiwo wonye la, afia wo. Tete ŋutsu, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, xɔ edzi gblɔ bena: Woawo nye amesiwo Yehowa ɖɔ, be woaɖatsa le anyigba dzi. Eye woɖo ŋu na Yehowa ƒe dɔla, si tɔ ɖe gbemitiawo domee la, gblɔ bena: Míeyi ɖatsa le anyigba dzi, eye kpɔ ɖa, ɖo-ɖoe zi le anyigba blibo la ŋu klenee. Tete Yehowa ƒe dɔla la xɔ edzi gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ɣekaɣi nagbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda-du, siwo ŋu nẽdo dziku ɖo ƒe blaadre sɔŋ enye si la, ase ɖo? Tete Yehowa gblɔ nya nyui kple akɔfanyawo na mawudɔla, si ƒo nu kplim, la, Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim le gblɔ nam bena: Ɖe gbe ƒã be: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie,
”Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi. Eye megblɔ bena: Afika nèyina? Eɖo ŋu nam bena; Yerusalem dzidze ge meyina, ne niakpɔ alesi wòkeke kple alesi wòdidii. Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim la ɖo, eye mawu-dɔla bubu do va kpee. Tete wògblɔ nɛ bena: Ɖe abla naɖagblɔ na ɖekakpuivi ma bena: Yerusalem anɔ nuvo le ame kple lã geɖe, siwo anɔ eme la ta. Nye ŋutɔ manye dzogli anɔ eŋu godoo, eye manye atsyɔ̃ ana eme; Yehowa ye gblɔe.
”Eye wòna mekpɔ nunɔlagã Yosua tsi tre ɖe Yehowa ƒe dɔla ŋku me, eye Satana tsi tre ɖe eƒe ɖusi me, be wòatso enu. Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa? Ke Yosua le awu ƒoɖiwo me hetsi tre ɖe mawudɔla la ŋku me. Tete wòxɔ edzi gblɔ na amesiwo tsi tre ɖe eŋku me la bena; Miɖe awu ƒoɖlawo le eŋu! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, meɖe wò voɖaɖawo ɖa le ŋuwò, eye maɖo atsyɔ̃wuwo na wò. Eye megblɔ bena: Woatsɔ tablanu dzadzɛ abla ta nɛ! Tete wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wodo awuwo nɛ, esime Yehowa ƒe dɔla gali ko. Tete Yehowa ƒe dɔla xlɔ̃ nu Yosua gblɔ bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne ézɔ nye mɔwo dzi, eye nèlé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, énɔ nye aƒe nu, eye nèlé ŋku ɖe nye xɔxɔnuwo ŋu la, ekema maɖe mɔ na wò nazɔ amesiwo tsi tre ɖi la dome.
”Tete mexɔ edzi gblɔ na mawu-dɔla, si ƒo nu kplim la bena: Nye aƒetɔ, nusiawo gɔme ɖe? Mawudɔla la ɖo ŋu gblɔ nam bena: Woawoe nye dziƒo ƒe ya eneawo, siwo tso, esime wotsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me megbe.
”Ke esi wòle nu siawo ŋuti bum la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me. Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“ Ke esi Yosef nyɔ tso alɔ̃ me la, ewo alesi Aƒetɔ ƒe dɔla la gblɔ nɛ, eye wòkplɔ srɔ̃a va eɖokui gbɔe;
”Ke esi wodzo yi la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: „Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò: elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.
”Ke esi Herodes ku la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte gblɔ bena: Fɔ, nakplɔ ɖevi la kple dadaa ayi ɖe Israel-nyigba dzi, elabena amesiwo le ɖevi la ƒe ku dim la, woku.
”eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema dzo naɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dolawo le ŋutiwò, eye woaxɔ wò ɖe asiwò me, be nagatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.“
”Tete Abosam gblẽe ɖi, eye kpɔ ɖa, mawudɔlawo va subɔe.
”eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo. Azɔ la sigbe alesi woƒoa gbe wuwluiwo nu ƒu, eye wotɔa dzo wo la, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu. Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, exe woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.
”Nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu; mawudɔlawo lado go, eye woamã ame vɔ̃ɖiwo tso ame dzɔdzɔewo gbɔ; eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.
”Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.
”Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.
”Elabena le tsitretsitsi la me la womeɖea srɔ̃ o, eye womenana woɖea wo hã o; ke boŋ wole abe mawudɔlawo le dziƒo ene.
”Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.
”Ke le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, amea ɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.
”Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;
”Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?
”Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi. Eye eƒe kpɔkpɔme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene; ke dzɔlawo dzo nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene le ŋɔ, si wòdzi na wo la ŋuti. Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele. Mele afisia o, elabena etsi tre, abe alesi wògblɔ ɖi ene. Mite va kpɔ afisi wòmia la ɖa. Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome; eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afima míakpɔe le; kpɔ ɖa, metoe na mi.
”Eye wònɔ gbeadzi ŋkeke blane, eye Satana tee kpɔ, eye wònɔ anyi kple gbemelã wɔadãwo, eye mawudɔlawo va subɔe.
”Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.
”Elabena ne woatsi tre atso ame kukuwo dome la, womaɖe srɔ̃ alo woana bena, woaɖe wo o; hafi boŋ wole abe mawudɔla, siwo le dziƒowo la ene.
”Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe.
”Ke le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la amea ɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko.
”Eye esi woyi ɖe yɔdo la me la, wokpe ɖekakpuia ɖe le nuɖusi gome le anyinɔƒe, eye wòdo awu ɣi ʋlaya, eye dzidzi ƒo wo. Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa! Ke miheyi ɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo kple Petro hã bena: Edze mia ŋgɔ yina Galilea, afima miakpɔe le, abe alesi wogblɔ ɖi na mi la ene.
”Ke Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae, le tsitre ɖe numemlekpui la ƒe nuɖusi me. Eye esi Zaxarya kpɔe la, eɖi vo, eye vɔvɔ̃ dze edzi. Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes. Eye wòanye dzidzɔ kple aseyetsotso na wò, eye ame geɖewo adzo dzi le eƒe dzidzi ŋuti. Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke. Eye wòatrɔ Israel-viwo dome ame geɖewo ava Aƒetɔ, woƒe Mawu la gbɔ. Eye wòanɔ eŋgɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be, wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ava ɖeviwo gbɔ kple tosẽlawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya me, ne wòadzra dukɔ la ɖo ɖi woasu te na Aƒetɔ la. Eye Zaxarya gblɔ na dɔla la bena: Nuka me madze si nusia le mahã? Elabena nye la amegã ɖeɖi menye, eye srɔ̃nye hã xɔ ƒe geɖe. Eye dɔla la ɖo eŋu nɛ bena: Nyee nye Gabriel, si nɔa tsitre ɖe Mawu ŋku me, eye wòdɔm ɖa, be maƒo nu na wò, eye magblɔ nya nyui sia fia wò Eye kpɔ ɖa, wò aɖe latu, eye mele ŋute ge aƒo nu o, halase ŋkeke, si dzi nusiawo ava ve me, le esi mèxɔ nye nya, siwo nu woawu le woƒe ɣeyiɣi me la, dzi se o la ŋuti.
”Eye le ɣleti adelia me la Mawu dɔ dɔla Gabriel ɖo ɖe Galilea-dua ɖe, si ŋkɔ enye Nazaret la me, ɖe ɖetugbi, si ŋugbe wodo na ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Yosef, tso Dawid ƒe me la gbɔ, eye ɖetugbi la ŋkɔe nye Maria. Eye esi mawudɔla va me le egbɔ la, egblɔ nɛ bena: Medo gbe na wò, wò amesi nu wòve! Aƒetɔ la li kpli wò. Ke eƒe dzi lã kpo le nya la ŋuti, eye wòde ŋugble sẽ bena: Nuka gbedoname gɔ̃ enye esi! Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ. Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o. Eye Maria gblɔ na dɔla la bena: Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã? Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi. Eye kpɔ ɖa, Elisabet, wò ƒometɔ la, fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge le eƒe nyagãkuku me, eye ɣleti sia enye adelia na eya, amesi woyɔna be konɔ. Elabena naneke mese na Mawu o. Eye Maria gblɔ bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye, ava me nam le wò nya la nu. Eye mawudɔla dzo le egbɔ.
”Eye alẽnyilawo le nuto ma ke me le gbedzi, eye wole woƒe alẽha ŋuti dzɔm le zã me. Eye Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe tsi tre ɖe wo gbɔ, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ. Eye dɔla la gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Elabena kpɔ ɖa, meva dzidzɔ gã ŋutinya gblɔ ge fia mi, esi lanye na dukɔ blibo la katã; elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me. Eye esia anye dzesi na mi: Míakpɔ vidzĩe, si woxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòmia lãnuɖunu me. Eye kasia dziƒoʋakɔha gãa ɖe kpe ɖe mawudɔla la ŋuti, wole Mawu kafum le gbɔgblɔm bena: Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le. Eye wòva me, esime mawudɔlawo dzo le wo gbɔ heyi dziƒo la, alẽnyilawo gblɔ na wo nɔewo bena: Mina ne miayi Betlexem, aɖakpɔ nusia, si va dzɔ, esi Aƒetɔ la na mienya.
”elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò bena, woakpɔ tawò nyuie, eye woƒe asiwò me woatsɔ wò aɖo, bena nagatsɔ wò afɔ axlã de kpea ɖeke o.“
”Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.
”Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me; ke amesi ke gbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me.
”Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.
”Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.
”Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii.
”elabena womagate ŋu aku o; elabena woɖi mawudɔlawo, eye wonye Mawu kple tsitretsitsi la ƒe viwo.
”Ke mawudɔla ɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hele ŋusẽ domii.
”Eye wòva ve me, esi wotsi dzodzodzoe le esia ŋuti la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre de wo gbɔ le awu ʋlaya dadzowo me; ke esi wovɔ̃, eye wode mo to la, wogblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ame gbagbe dim le ame kukuwo dome mahã? Mele afisia o, ke boŋ etsi tre; mido ŋku edzi, alesi wògblɔ na mi, esime wogale Galilea la bena: Ele be, woade Amegbetɔvi la asi na nuvɔ̃wɔlawo, eye woaklãe de ati ŋuti, eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre!
”eye esi womekpɔ eƒe kukua o la, wova gblɔ bena, yewokpɔ mawudɔlawo, amesiwo gblɔ bena: Ele agbe!
”Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Míakpɔ dziƒo nuvo, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam, eye woanɔ ɖiɖim ɖe Amegbetɔvi la dzi.
”Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le. Akpata siawo me dɔlélawo ƒe ha: Ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, titilélawo mlɔna henɔa tsi la ƒe bublu lalam. — Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —
”Ke Maria le tsitre ɖe yɔdo la godo le avi fam, eye esi wòle avi fam ale la, edo kɔ ɖe yɔdo la me; eye wòkpɔ mawudɔla eve le awu ɣi me le anyinɔƒe, ɖeka le tade, eye ɖeka le afɔde le afisi Yesu ƒe kuku la mlɔ. Eye ame mawo gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Egblɔ na wo bena: Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi woɖae ɖo o.
”Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me. Eye esime wole dziƒo kpɔm gã le eƒe yiyi me la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre ɖe wo gbɔ le awu ɣi me, amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.
”Eye woɖo asi apostoloawo dzi, eye wode wo dua me gaxɔ me. Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.
”mi amesiwo xɔ se la le mawudɔlawo ƒe ɖoɖo nu, eye mielé wo me ɖe asi o.
”Ke Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe ƒo nu na Filipo gblɔ bena: Tsi tre, eye nayi dziehe gome, ɖe mo, si tso Yerusalem yina Gaza, si nye gbedzimɔ la dzi.
”Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio! Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.
”Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta. Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm. Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu. Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye nado wò atokotawo! Eye wòwɔ nenema. Eye wògblɔ ne bena: Do wò awu ʋlaya la, eye nadze yonyeme. Eye wòdo go dze eyome, eye menyae bena, nusi va me to mawudɔla dzi la, ele me vavã o, ke ebu xa bena, ŋutega yekpɔ. Ke esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu yi la, wova gagbo, si dze ŋgɔ dua la nu, eye eya ŋutɔ ʋu eɖokui na wo; eye esi wodo go la, woto ablɔ ɖeka me, eye kasia mawudɔla la dzo le egbɔ.
”Eye esi Petro ƒe mo kɔ la, egblɔ bena: Azɔ menyae vavã bena, Aƒetɔ la dɔ eƒe dɔla ɖa, eye wõɖem tso Herodes si me kpakple Yudatɔwo katã ƒe mɔkpɔkpɔ me. Eye esi wòle eŋuti bum la, eva Maria, Yohanes, si woyɔna be Marko la, dada ƒe xɔ nu, afisi ame geɖewo ƒo ƒu do hele gbe dom ɖa la. Eye esi wòƒo agboa la, nyɔnudɔlaa ɖe, si ŋkɔ nye Roda la, va do gbee. Eye esi wòdze si Petro ƒe gbe la, meʋu agbo la o le dzidzɔ, si wòkpɔ la ŋuti; ke eƒu du yi ɖe eme, eye wòka ta na wo bena, Petro le tsitre ɖe agbo la nu. Woawo gblɔ nɛ bena: Aɖaʋa dzem nèle. Ke ekã ɖe edzi bena, ele me nenema. Gake woawo gblɔ bena: Eƒe mawudɔlae. Ke Petro gale eƒoƒo dzi, eye esi wòʋui, eye wokpɔe la, kuvia ɖo wo.
”Eye le ŋkeke ɖoɖoa ɖe dzi, esi Herodes ɖo fiawu la, ebɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye wòƒo nu na wo. Tete takpelawo do ɣli bena: Mawu ƒe gbee, eye menye ame tɔe o. Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.
”Elabena zadukitɔwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o, eye mawudɔla kple gbɔgbɔ hã meli o; gake farisitɔwo ʋua woa kple eve la me.
”Elabena zã sia me la Mawu, si tɔ menye, amesi mesubɔna hã la, ƒe dɔla va tsi tre ɖe gbɔnye gblɔ bena: Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.
”Mienyae bena, miadrɔ̃ ʋɔnu mawudɔlawo oa, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye gea?
”Eyata ele na nyɔnu bena, wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ta dzi le mawudɔlawo ŋuti.
”Nenye ɖe metso amewo kple mawuɖɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo ƒoa nu, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne mele abe ayawagba, si ɖina alo abe gaƒoƒo, si ɖina la ene.
”Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyuie la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu!
”Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,
”Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã;
”Elabena mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpo bena: „Vinye nènye, egbea medzi wò“ mahã? Eye wògagblɔ bena: „Nye la manye Fofo nɛ, eye eya hã lanye Vi nam“ mahã?
”Ke ne egakplɔ ŋgɔgbevi la va xexeame la, egblɔ bena: „Eye Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu ne.“
”Eye wògblɔ le mawudɔlawo ŋuti bena: „Etso eƒe dɔlawo wɔ yawo, eye wòtsɔ eƒe subɔlawo wo dzo ƒe aɖewo;“
”Ke mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpɔ bena: „Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui“ mahã? Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?
”Elabena metsɔ xexeme, si le vava ge, si ŋuti míeƒoa nu lena la, de mawudɔlawo ƒe ŋusẽ te o. Ke amea ɖe ɖi ɖase kɔte le afia ɖe bena: „Nukae nye amegbetɔ bena, nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi be, nèléa ŋku ɖe eŋu? Ebɔbɔe ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo; ŋutikɔkɔe kple bubu nètso ɖɔ nɛ, eye nètsɔe ɖo wò asinudɔwɔwɔwo katã nu,
”Elabena vavã, menye mawudɔlawo wòva xɔxɔ ge na o, ke boŋ Abraham ƒome wòva xɔxɔ ge na.
”Ke le aɖaka dzi la ŋutikɔkɔe ƒe Kerubiwo li, siwo xe nutsyɔnu la dzi; nusiawo ŋuti nya míate ŋu agblɔ le wo tɔxɛ wo tɔxɛ fifia o.
”Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,
”Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.
”Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.
”amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.
”wònye mawudɔlawo nye gatɔwo wu le ŋutete kple ŋusẽ me hafi; gake womehe busufɔbubu vɛ ɖe wo ŋuti le Aƒetɔ la ŋku me o.
”Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame. Esia me míedze si Mawu ƒe Gbɔgbɔ le: Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si ʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me la, etso Mawu gbɔ;
”Ke Mixael, mawudɔla gã la, esime wòle anuku tsyɔm hele nu ƒom kple Abosam le Mose ƒe kukua ŋuti la, medo dzi gblɔ busufɔbubu ɖe eŋuti o, ke boŋ egblɔ bena: Aƒetɔ la laka mo na wò!
”Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawoe nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawoe nye hame adreawo.
”Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.
”Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta. Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo;
”eye atsiaƒu, si me ka abe kristalo lãlɛ ene la, le fiazikpui la ŋgɔ, eye nu gbagbe ene, siwo ŋgɔgbe kple megbe yɔ fũ kple ŋkuwo la, le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la hã. Eye nu gbagbe gbãtɔ le abe dzata ene, eye nu gbagbe evelia le abe nyitsu ene, eye nu gbagbe etɔ̃lia ƒe mo le abe ame ƒe mo ene, eye nu gbagbe enelia le abe hɔ̃, si le dzodzom ene. Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la! Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena: Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.
”Eye mekpɔ mawudɔla sesẽa ɖe le gbe ƒã ɖem kple gbe gã bena: Amekae dze be, wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenuawo ɖa?
”Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne. Eye wòva, eye wòxɔ agbalẽ la le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe nuɖusi me. Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.
”Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo, wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu! Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.
”Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o. Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena: Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.
”Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena: Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Eye mekpɔ mawudɔla adre, siwo le tsitre ɖe Mawu ƒe ŋku me la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo. Eye mawudɔla bubu va, eye wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye sikadzudzɔdosonu le esi, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ, bene wòatsɔe akpe ɖe ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo ŋuti ada ɖe sikavɔsamlekpui, si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi. Eye atike ʋeʋẽe la ƒe dzudzɔ kple ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo tu tso mawudɔla ƒe asi me yi dziƒo le Mawu ƒe ŋku me. Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme tu, eye wòtsɔe ƒu gbe de anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ. Eye mawudɔla adre, siwo lé kpẽ adre ɖe asi la, dzra wo ɖokui ɖo hena kpẽkuku.
”Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã. Eye mawudɔla evelia ku kpẽ la, eye wotsɔ nane, si le abe to gãa ɖe ene hele bibim kple dzo la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye ƒu ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu ʋu; eye nu gbagbe, siwo le atsiaƒu me la, ƒe akpa etɔ̃lia ku, eye nuwo ƒe akpa etɔ̃lia gbã. Eye mawudɔla etɔ̃lia ku kpẽ la, eye ɣletivi gãa ɖe, si le bibim abe kakati ene la, ge tso dziƒo, eye wòdze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsi dzidziwo dzi. Eye ɣletivi ma ƒe ŋkɔe nye Apsinto (enye gbe, si vena abe atsa ene), eye tɔwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve, eye amewo dome geɖeawo ku le tsiawo ta, le esi wole vevem akpa la ŋuti. Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke. Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃a ɖe, si le dzodzom lé dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gãa ɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinuwo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.
”Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpe ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotso aʋli me vudo ƒe safui nɛ.
”Eye mawudɔla adelia ku kpẽ la, eye mese gbea ɖe ɖi tso sikavɔsamlekpui, si le Mawu ŋku me la, ƒe dzo eneawo gbɔ, le gbɔgblɔm na mawudɔla adelia, si lé kpẽ la ɖe asi la bena: Tu dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to. Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia. Eye sɔdolawo ƒe aʋakɔ ƒe xexlẽme le akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve; mese woƒe xexlẽme.
”Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubua ɖe le ɖiɖim tso dziƒo le alilikpo me, eye anyieʋɔ le eƒe ta me, eye eƒe ŋku me le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene, eye agbalẽvi, si woʋu la, de esi, eye wotsɔ eƒe nuɖusifɔ da ɖe atsiaƒu dzi, eye wotsɔ eƒe miãfɔ da ɖe anyigba dzi, eye wòdo ɣli kple gbe gãa ɖe, abe alesi dzata ɖea gbe ene, eye esime wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go. Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye megaŋlɔ wo o. Eye mawudɔla, si mekpɔ wòle tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la, do eƒe nuɖusi ɖe dziƒo, eye wòta amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, amesi wɔ dziƒo kple nusiwo le eme kple anyigba kple nusiwo le edzi kpakple atsiaƒu kple nusiwo le eme la, bena ɣeyiɣia ɖeke naganɔ anyi o, ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime woaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu le nyanyuie, si wogblɔ fia eƒe dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo la nu.
”Eye gbe, si mese tso dziƒo la, gaƒo nu kplim, eye wògblɔ bena: Yi naɖaxɔ agbalẽvi, si le ʋuʋu le mawudɔla, si le tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la si. Eye meyi mawudɔla la gbɔ yi ɖagblɔ nɛ be, wòatsɔ agbalẽvi la nam. Eye wògblɔ nam bena: Xɔe, eye namii, eye wòaɖu dɔme na wò, ke wòavivi le wò nu me abe anyitsi ene. Eye mexɔ agbalẽvi fa le mawudɔla la si, eye memii, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene, eye enumake esi meɖui la, eɖu dɔme nam. Eye wogblɔ nam bena: Ele na wò be, nagagblɔ nya ɖi le dukɔwo kple trɔ̃subɔlawo kple gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.
”Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nenɔ anyi; elabena exɔ wò ŋusẽ gã, eye neɖu fia.
”Eye aʋa dzo le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o.
”Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.
”Eye mekpɔ mawudɔla bubua de le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyuie mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinuwo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo. Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la. Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me.
”Eye mawudɔla bubua ɖe do tso gbedoxɔ me le ɣli dom kple gbe gã do de amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la bena: Do wò hɛ gobɛ la ɖa, ne naya nu; elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba dzi nuwo ɖi! Eye amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la, do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòya anyigba dzi nuwo.
”Eye mawudɔla bubua ɖe do tso gbedoxɔ, si le dziƒo la me, eye eya hã lé hɛ gobɛ ɖaɖɛa de de asi. Eye mawudɔla bubua ɖe, si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la, do tso vɔsamlekpui la me, eye wòdo ɣli kple gbe gãa de do de amesi lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi la bena: Do wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la da, ne nala anyigba dzi weinka ƒe kpowo; elabena eƒe kutsetseawo di! Eye mawudɔla la do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòtso anyigba dzi weinka ƒe kutsetseawo, eye wòtsɔ wo da ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe weinfiãnu gã la me. Eye wofanya weintsetseawo kple afɔ le dua godo, eye ʋu do le weinfiãnu la me le ɖɔɖɔm vaseɖe keke sɔwo ƒe numega ŋuti ke, eye wòde stadio akpe ɖeka kple alafa ade.
”Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.
”eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotso sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo. Eye nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adre, siwo Mawu, si le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ la, na mawudɔla adreawo. Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu.
”Eye mese gbe gãa ɖe tso gbedoxɔa me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena: Miheyi, ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo akɔ ɖe anyigba dzi. Eye gbãtɔa yi, eye wòtrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye ƒoƒoe vɔ̃, si vena ŋutɔ la, ƒo amesiwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple amesiwo de ta agu na eƒe legba la. Eye mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu abe ame kukua de ƒe ʋu ene, eye nu gbagbe sia nu gbagbe, si le ƒua me la ku. Eye mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye wotrɔ zu ʋu. Eye mese tsiawo ƒe mawudɔla le gbɔgblɔm bena: Wò amesi li, eye nènɔ anyi, wò kɔkɔetɔ la, wòe nye dzɔdzɔetɔ, le esi nèdrɔ̃a ʋɔnu ale la ŋuti; elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema. Eye mese vɔsamlekpui la le gbɔgblɔm bena: Ẽ, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, nyateƒe kple dzɔdzɔe nye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo. Eye mawudɔla enelia tra eƒe kplu la ka ɖe ɣe dzi, eye wona ŋusẽe be, woatso dzo afiã amewo. Eye dzoxɔxɔ gã ŋuta ɖu amewo, eye wode busu Mawuƒe ŋkɔ, si kpo ŋusẽ ɖe fuwɔame siawo dzi, eye wometrɔ le woƒe dzi me, bene woatsɔ kafukafu nɛ o. Eye mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã la ƒe zikpui dzi, eye eƒe fiaduƒe do viviti, eye woɖu ade le fukpekpe la ta, eye wodo busu dziƒo Mawu la le woƒe fukpekpe kple woƒe ƒoƒoeawo ta, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔnawo me o. Eye mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat-tɔsisi gã la dzi, eye eme tsi la mie, bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.
”Eye mawudɔla adrelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe ya me, eye gbe gãa ɖe ɖi tso gbeɖoxɔa me tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Wowɔe vɔ!
”Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka ƒo nu kplim gblɔ bena: Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ na tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò; amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la, Eye wòkplɔm heyi gbedzi le gbɔgbɔ me, eye mekpe nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ lã dzẽa de, si ta adre kple dzo ewo li na, eye busuŋkɔwo le eŋuti fũ la dzi.
”Eye nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla bubua de le didim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe klẽ de anyigba dzi.
”Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,
”Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye woɖo gbe ɖa na Mawu, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Amen, mikafu Yehowa!
”Eye mekpɔ mawudɔla ɖekaa ɖe le tsitre le ɣe me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽa ɖe le gbɔgblɔm na xevi, siwo katã dzona le dziƒo titina la bena: Miva ƒo mia ɖokui nu ƒu ɖe Mawu ƒe nuɖuɖu gã la gbɔ,
”Eye mekpɔ mawudɔla ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gãa ɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka.
”Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adre, siwo yɔ fũ kple fuwɔame mamletɔ adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka va, eye wòƒo nu kplim gblɔ bena: Va abi, ne mafia ŋugbetɔ, si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò! Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam,
”Eye wodzidze du la wòle abɔklugui alafa ɖeka kple blane vɔ ene le amewo ƒe dzidzenu, si le mawudɔla si la nu.
”Eye nye Yohanes ye nye amesi se nusiawo, eye mekpɔ wo. Eye esi mese wo, eye mekpɔ wo la, medze klo, be made ta agu ɖe mawudɔla, si ɖe nusiawo fiam la, ƒe afɔ nu. Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!
”Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla lã, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.
”