03 – Amegbetɔwo

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Amegbetɔwo.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Psalmowo 139:13-14

Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme. Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.

Galatiatɔwo 3:28

Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.

Mose I 6:11-12

Eye xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 141 kpukpuiwo

Mose I 1:26-30

Eye Mawu gblɔ be: Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, woaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi! Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi! Eye Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie tseku, siwo katã le anyigba blibo la dzi, kple ati, siwo katã tsena, siwo me ku le la, na mi, bena woanye nuɖuɖu na mi; ke gbewo kple amagbewo katã nanye nuɖuɖu na anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi. Eye wòva me nenema.

Mose I 2:7

Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.

Mose I 2:18

Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.

Mose I 2:23-25

Eye ame la gblɔ be: Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe. Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka. Eye wo kpakple eve la wole ƒeƒle, ame la kple srɔ̃a, eye ŋu mekpea wo o.

Mose I 3:19

Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!

Mose I 5:1-2

Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. Ewɔ wo wonye ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo: eye wòna ŋkɔ wo bena „ame“ le gbesigbe wòwɔ wo.

Mose I 6:3

Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!

Mose I 6:5-6

Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la, eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye woɖu dzi nɛ.

Mose I 6:11-12

Eye xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.

Mose I 8:21

Ke esi Yehowa se ʋeʋẽ lililia la, egblɔ le eƒe dzi me bena: Nyemagaƒo fi ade anyigba akpɔ le amegbetɔ ta o. Elabena ame ƒe dzimesusu enye vɔ̃ tso ɖevime ke, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe alesi mewo ene o.

Mose III 17:11

Elabena agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui, elabena agbe le eme.

Samuel I 2:6

Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe.

Samuel I 16:7

Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.

Hiob 1:21

gblɔ bena: Amama mele tso ɖanye ƒe ɖɔ me, eye ama ma manɔ agayi Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ!

Hiob 4:18-19

Kpɔ ɖa, meɖoa dzi ɖe eƒe subɔlawo ŋu o, eye wòbua tatra ɖe eƒe dɔlawo ke hã ŋu ʋuu kekeke wòahayi anyixɔ me nɔlawo nye ge, amesiwo dzɔ tso anyi me, eye wolilia afɔ wo dzi abe agbagblaʋuiwo ene.

Hiob 8:9

Elabena míatvo la etsɔviwo míenye, eye ame makpɔnuteƒewo míenye; elabena míaƒe ŋkekewo le ahe vɔvɔli ene le anyigba dzi.

Hiob 10:8-12

Wò asie mem, eye néwɔ nye afisiafi pɛpɛpɛ tso, hafi natsrɔ̃m mahã? Ɖo ŋui be, tsue nètsɔ wɔm, eye ɖe nèbe, magatrɔ zu anyia? Ɖe mèkɔm ɖe anyi abe notsi ene, eye nèna mebla abe notsi kpekẽ ene oa? Efa ŋutigbalẽ kple lã ɖe ŋunye, eye nède ƒu kple lãmeka menye. Ena agbe kple amenuvevem, eye wò ametakpɔkpɔ dzra nye gbɔgbɔ ɖo.

Hiob 12:10

Eya, amesi si me nu gbagbewo katã ƒe luʋɔ kple amegbelɔwo katã ƒe ŋutilã ƒe gbɔgbɔ le!

Hiob 14:1-2

Amegbetɔ nyanu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.

Hiob 14:5

Ne woɖo eƒe ŋkekewo, eƒe dzinuwo ƒe xexlẽme le gbɔwò, eye nèdo liƒo nɛ, si dzi magbɔ o la,

Hiob 15:16

ʋuu eke, ne wòahayi ame nyɔŋu, ame gbegblẽ, amesi noa nu vlo wɔwɔ abe tsi ene la, nye ge?

Hiob 16:22

Elabena nye ƒe ʋeeawo le dedem, eye mayi demagbɔnugbe.

Hiob 25:6

ʋuu kekeke woahayi amegbetɔ, si nye nyẽ, kpakple ame, si nye ŋɔ la, nye ge!

Hiob 27:3-4

ŋkeke alesi nye gbɔgbɔ le menye, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ le ŋɔti me nam la, ne nye nuyi ahagblɔ nu madzɔmadzɔ, eye nye aɖe agblɔ alakpanya fĩ!

Hiob 33:4

Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, eye ŋusẽkatãtɔ ƒe gbɔgbɔe gbɔ agbem.

Psalmowo 8:4

nuka nye amegbetɔ, be néɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be néléa ŋku ɖe eŋu?

Psalmowo 8:5-8

Esusɔ vie, nena wòsɔ kple Mawu kloe, eye netsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ. Etsɔe ɖo wo asinudɔwɔwɔwo nu, eye netsɔ nuwo katã ɖe eƒe ato te: alẽwo kple nyiwo siaa hekpe ɖe gbemelãwo hã ŋu, dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kpakple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.

Psalmowo 14:1-3

Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o. Yehowa ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòblaa Mawu ta sena hã? Wo keŋ wote ɖe aga, wo kam tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.

Psalmowo 24:1-2

Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo. Elabena eɖo egɔme anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòlii anyi ɖe tɔsisiwo dzi zã.

Psalmowo 33:13-15

Yehowa kpɔa nu tso dziƒo ke, ekpɔa amegbetɔviwo katã. Ele enɔƒe ɖe ŋku ɖe anyigba dzi tɔwo katã, eya, amesi wɔ woƒe dziwo katã tim, eye wòlé ŋku ɖe woƒe dɔwɔwɔwo katã ŋu.

Psalmowo 39:4-5

Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi! Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.

Psalmowo 39:11

Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela.

Psalmowo 51:5

Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!

Psalmowo 51:17

Vɔsewo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote de anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.

Psalmowo 53:1-3

Dawid ƒe nufiameha na henɔ la, ne woadzi ɖe nublanuigbe me. Ahunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me bena: Mawua ɖeke meli o! Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo le nu tovo wɔwɔwo me. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o. Mawu ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòbiaa Mawu ta sena hã? Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o!

Psalmowo 78:39

Eɖoa ŋku edzi be, ŋutilã wonye, ƒuƒu, si yina, eye megatrɔna gbɔna o la, wonye.

Psalmowo 89:47-48

Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe! Ŋutsu kae le agbe, mekuna o, eye wòɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe si me? Sela.

Psalmowo 90:10

Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hlã nye wo aɖegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedze.

Psalmowo 90:12

Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si!

Psalmowo 102:11-12

Nye ŋkekewo le abe vɔvɔli, si ɖo to la ene, eye meƒu abe gbe ene. Ke wò Yehowa la, èli tegbee, eye wò ŋkɔ le dzidzimewo katã me.

Psalmowo 103:14-16

Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, akewɔ míenye. Amegbetɔ ƒe agbe la gbe wònye, eƒoa se abe seƒoƒo le gbe me ene. Elabena ne ya ƒo to edzi la, meganɔa anyi o, eye eteƒe megadzea sii o.

Psalmowo 104:29

Ne èɣla wò ŋku me la, woluluna; ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me.

Psalmowo 115:16-17

Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo. Menye ame kukuwoe akafu Yehowa o, alo amesiwo katã yi aʋli me la o;

Psalmowo 139:1-4

Dawid ƒe ha na henɔ la. Yehowa, èdzro menye, eye nèdze sim. Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke. Edo nye azɔlizɔzɔ kple nye anyimɔmlɔ kpɔ, eye nye mɔwo katã le nyanya na wò. Elabena nyaa ɖeke mele nye aɖe dzi o, kpɔ ɖa, Yehowa, ènya wo keŋ.

Psalmowo 139:13-18

Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme. Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ. Nye ƒuwo meɣla ɖe wò, esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, eye wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe o. Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔa ɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me. Ke nye la, Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o! Ne mebe, maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu ke! Ne menyo la, megale gbɔwò ko.

Psalmowo 144:4

Amegbetɔ le abe ƒuƒu ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli, si va yina ene.

Psalmowo 146:3-4

Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o! Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.

Lododowo 11:20

Amesiwo si alakpadzi le la, ŋunyɔ wònye na Yehowa; ke amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la, ƒe nu nyea eŋu.

Lododowo 21:1-2

Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae. Ŋutsu be mɔwo katã dzɔ le eŋku me; ke Yehowa ye daa dziwo kpɔna.

Lododowo 22:2

Kesinɔtɔ kple ame dahe wodoa go wo nɔewo; wo katã wɔla enye Yehowa.

Nyagblɔla 5:15

Alesi wòle tso dadaa ƒe mi me la, nenema ke wòaganɔ amama ayii, abe alesi wole va ene, eye matsɔ naneke aɖo asi tso eƒe agbagbadzedzewo me o.

Nyagblɔla 7:1

Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.

Nyagblɔla 7:20

Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.

Nyagblɔla 8:8

Amegbetɔa ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe ya dzi be, wòaxe ma na ya o; amea ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe kugbe dzi o, eye asiɖeɖe le ame ŋu meli le aba me o; nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mexɔna na ewɔla o.

Nyagblɔla 9:3

Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.

Nyagblɔla 11:5

Alesi menya ya toƒe kple alesi ƒuwo va wona ɖe dɔ me na funɔ o la, nenema mèdze si Mawu, amesi wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.

Yesaya 40:6-7

Miƒu to anyi, amea ɖe le gbɔgblɔm be: De gbe ƒã! Tete megblɔ be: Nya ka tsɔ ge mala aɖe gbe ƒã lae? Ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene. Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖee. Nyateƒe, gbe enye dukɔ la!

Yesaya 42:5

Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, eye wòhe wo me, amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le eɖzi, kple gbɔgbɔ amesiwo zɔa edzi la, gblɔ esi:

Yesaya 44:24

Ale Yehowa, ɖewòla, amesi mè wò tso dɔ me ke la, gblɔ esi: Nyee nye Yehowa, amesi wɔ nusiawo katã, nye ɖeka koliae he dziƒo me, eye mekeke anyigba me, amea ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.

Yesaya 51:12

Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?

Yesaya 53:6

Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.

Yesaya 55:8-9

Elabena Yehowa be: Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o; ke boŋ alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mawo kple nye susuwo wu miaƒe susuwòe.

Yesaya 64:6-8

Mí katã miele abe ame makɔmakɔwo ene, eye miaƒe dzɔdzɔenyenyewo katã le abe avɔ, si ƒo ʋu ene; mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe vodadawo lɔ mí ɖe nu abe ya ene. Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me. Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.

Yeremya 1:5

Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.

Yeremya 16:12

Ke miawo miewɔ nu gbegblẽ wu mia fofowo, mia dome amesiame dze eƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi yome, eye miegbe toɖoɖom.

Yeremya 17:5

Ale Yehowa gblɔ esi: Aɖi ŋutsu, si ƒe dzi te ɖa le Yehowa ŋu, eye wòle dzi ɖom ɖe amegbetɔ ŋu hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe alɔe la ŋuti kpekpekpe!

Yeremya 17:9-10

Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma? Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.

Xezekiel 18:4

Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.

Xezekiel 36:26

Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi.

Xezekiel 37:5-6

Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawo enye si: Made gbɔgbɔ mia me, ne miagbɔ agbe. Made lãmeka mia ŋu, eye mana lã naɖo mia ŋu; mafa agbalẽ ɖe mia ŋu, eye made gbɔgbɔ mia me, be miagbɔ agbe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.

Mateo 9:36

Ke esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.

Mateo 10:30-31

ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.

Mateo 12:35

Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la.

Mateo 15:18-19

Ke nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame. Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.

Mateo 19:14

Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.

Mateo 26:41

Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.

Marko 7:21-23

Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ; nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tsoa eme ke, eye woƒoa ɖi ame.

Marko 10:6-9

Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la atsu kple asi wòwɔ wòe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnua ŋuti, eye wo kpakple eve woanye ŋutilã ɖeka, ale bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla ɖekae la, ame nagamã me o.

Marko 10:18

Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem bena nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.

Luka 6:45

Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.

Luka 12:7

Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã hã. Migavɔ̃ o; mia tɔ vena wua atsutsre geɖewo tɔ.

Yohanes 1:12-13

Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena, amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso.

Yohanes 2:24-25

Ke Yesu ŋutɔ medo ŋu ɖe wo ŋu o; elabena edze si wo katã; eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.

Yohanes 3:3-7

Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o. Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia? Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye. Megawɔ mo yaa na wò be, megblɔ na wò bena: Ele be, woadzi mi atso dziƒo o.

Yohanes 3:16

Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.

Yohanes 3:19

Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.

Yohanes 8:23-24

Eye wògblɔ na wo bena: Miawo lã anyigba mietso, ke nye la dziƒo metso; miawo la xexe sia me mietso, nye la nyemetso xexe sia me o: Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.

Dɔwɔwɔwo 17:25-28

eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame, eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe matu, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o: elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“

Romatɔwo 1:18

Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.

Romatɔwo 1:22-24

Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo, eye woɖɔ li Mawu magblẽmagblẽ la ƒe ŋutikɔkɔe la, bene wòaɖi ame gbegblẽ kple xeviwo kple lãfɔnewo kple nutatawo ƒe nɔnɔme. Eyata le woƒe dziwo ƒe nudzodzrowo me la Mawu tsɔ wo de asi na makɔmakɔnyenye, bene woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo le wo nɔewo dome;

Romatɔwo 3:4

Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“

Romatɔwo 3:10-12

alesi woŋlɔ ɖi bena: „Ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o. Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o! Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.

Romatɔwo 3:23

elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim,

Romatɔwo 5:12

Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;

Romatɔwo 6:3-13

Alo ɖe mienyɛ bena, mí amesiwo katã wode mawutsi ta na ɖe Kristo Yesu me la, ɖe eƒe ku mee wode mawutsi ta na mí ɖo o mahã? Eyaŋuti esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakple bene abe alesi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke miawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me. Elabena ne míezu ɖeka kplii hena sɔsɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me; esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o. Elabena amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me. Ke ne mia kple Kristo mieku la, miexɔe se bena, mia kplii mianɔ agbe hã; elabena mienyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpa o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o. Elabena esi wòku la, eku na nuvɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me. Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o. Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ?

Romatɔwo 6:19

Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.

Romatɔwo 7:5

Elabena esime míele ŋutilã me la, nuvɔ̃wo ƒe nudzodzro wuamenu, siwo dzo tso sea me la, sẽ ŋu ŋutɔ le míaƒe ŋutinuwo me, bene míatse ku na ku;

Romatɔwo 7:18

Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.

Romatɔwo 7:24

O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?

Romatɔwo 8:3-9

Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me, bene woawu sea ƒe dzɔdzɔenyenye la nu le mí, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me. Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina. Elabena ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa; eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o. Ke amesiwo noa anyi le ŋutilã me la, womate ŋu adze Mawu ŋu o. Ke miawo la mienɔa anyi le ŋutilã me o, negbe le Gbɔgbɔ me, ne ele nenema bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔa mia me la. Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o.

Romatɔwo 8:13

elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe.

Romatɔwo 9:8

esia nye be: Menye ŋutilã ƒe viwoe nye Mawu ƒe viwo o, ke ŋugbedodo ƒe viwo boŋ woabu be ƒome.

Romatɔwo 13:14

hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.

Korintotɔwo I 2:14

Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.

Korintotɔwo I 3:16-17

Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa? Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.

Korintotɔwo I 6:19-20

Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa? Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu!

Korintotɔwo I 15:21-22

Elabena esi wònye ame mee ku la to va ŋuti la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame ke me va. Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.

Korintotɔwo I 15:39

Menye lãwo katãe nye lã ɖeka ƒomevi o: ke amegbetɔwo ƒe lã le vovo, lãfɔnewo ƒe lã le vovo, tɔmelãwo ƒe lã le vovo, xeviwo ƒe lã le vovo.

Korintotɔwo I 15:42-50

Nenema ke ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã le: Woƒãa nu le gbegblẽ me, eye woafɔe ɖe tsitre le magblẽmagblẽ me; woƒãɛ nu le bubu makpɔmakpɔe me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋutikɔkɔe me: woƒãa nu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋusẽ me. Woƒãa luʋɔŋutilã, eye woafa gbɔgbɔŋutilã ɖe tsitre. Luʋɔŋutilã li, eye gbɔgbɔŋutilã hã li. Nenema ke woŋlɔ ɖi bena: „Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe;“ Adam mamletɔ la zu gbɔgbɔ, si na agbe. Ke menye gbɔgbɔmetɔ enye gbãtɔ o, hafi luʋɔtɔ la boŋ, emegbe la gbɔgbɔmetɔ la. Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la. Alesi ke anyigbadzitɔa le la, nenema ke anyigbadzitɔwo hã le; alesi ke dziƒotɔa le la, nenema ke dziƒotɔwo hã le; eye alesi anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mia ŋu la, nenema ke dziƒotɔa ƒe nɔnɔme hã nanɔ mia ŋu. Ke mele esia gblɔm, nɔviwo, bena ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o, eye gbegblẽ mate ŋu anyi magblẽmagblẽ ƒe dome o.

Korintotɔwo 4:16

Eyata ɖeɖi metea mia ŋu o: ke ne miaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe.

Korintotɔwo 5:1-4

Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la. Elabena esia me mieŋena le hã, eye wòle mía dzrom bena, woatsɔ mía nɔƒe, si tso dziƒo la, ado na mí; ne ele ale bena, ne wotsɔ awu ɖo na mí, womakpɔ mi amama o la. Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, mieŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mia ŋu o, ke boŋ bena, woaɖo awu na mi, bena agbe la nami nusi kuna la.

Korintotɔwo 7:1

Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.

Galatiatɔwo 3:28

Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.

Galatiatɔwo 5:16-17

Ke mele egblɔm be: Miza le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wo ge o. Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o.

Galatiatɔwo 5:24

Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu.

Galatiatɔwo 6:8

Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.

Efesotɔwo 2:3

amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. —

Efesotɔwo 4:18

amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti,

Filipitɔwo 1:21

Elabena nye la Kristo enye agbe nam, eye ku enye viɖe nam.

Filipitɔwo 3:3

Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.

Filipitɔwo 3:18-21

Elabena ame geɖewo zɔna, amesiwo ŋutinya megblɔ na mi enuenu; gake azɔ la metsɔ avifafa le egblɔm bena, Kristo ƒe atitsoga ƒe futɔwo wonye. Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko. Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso, amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.

Kolosetɔwo 2:8

Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.

Kolosetɔwo 3:11

afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.

Tesalonikatɔwo I 5:23

Ke ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ kpakple ŋutilã blibo la katã ɖo mokaka manɔŋui halase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la!

Timoteo I 6:7

Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atso naneke ayii hã o;

Timoteo II 1:7

Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.

Timoteo II 3:2-5

Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!

Tito 1:15-16

Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi. Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.

Hebritɔwo 2:6-8

Ke amea ɖe ɖi ɖase kɔte le afia ɖe bena: „Nukae nye amegbetɔ bena, nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi be, nèléa ŋku ɖe eŋu? Ebɔbɔe ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo; ŋutikɔkɔe kple bubu nètso ɖɔ nɛ, eye nètsɔe ɖo wò asinudɔwɔwɔwo katã nu, nuwo katã nètsɔ de eƒe afɔ te.“ Elabena le nuwo katã tsɔtsɔ de eƒe afɔ te me la naneke mesusɔ ɖi, si wometsɔ de ete o; gake azɔ la míekpɔ haɖe ke bena, wotsɔ nuwo katã de ete o.

Hebritɔwo 2:14-15

Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la, eye woade amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me la.

Hebritɔwo 4:12-13

Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la; eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!

Hebritɔwo 9:27

Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,

Yakobo 1:14-16

Ke wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku. Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana woable mi o:

Yakobo 2:26

Elabena abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.

Yakobo 4:13-14

Azɔ la miheyi, mi amesiwo gblɔna bena: Egbe alo etsɔ míayi du si kple du si me, eye mianɔ afima ƒe ɖeka, eye míatsa asi, eye míakpɔ viɖe! Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.

Petro I 1:24

Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna;

Petro I 2:11

Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,

Yohanes I 2:15-17

Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.

Yohanes I 3:1

Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.

Yuda 1:23

miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.

Nyaɖeɖefia 1:7

Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net