06 – Dzomavɔ

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Dzomavɔ.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Nyaɖeɖefia 20:13-15

Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu. Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia. Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.

Hebritɔwo 10:26-27

Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li.

Mateo 13:49-50

Nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu; mawudɔlawo lado go, eye woamã ame vɔ̃ɖiwo tso ame dzɔdzɔewo gbɔ; eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 123 kpukpuiwo

Mose II 32:33-34

Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Amesi wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔ matutu ɖa le nye agbalẽ me. Heyi ko, eye nakplɔ dukɔ la ayi teƒe, si megblɔ na wò la, eye nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake ne nye toheɣi ɖo la, maxe woƒe nuvɔ̃wo ŋuti fe na wo.

Mose V 29:20

Yehowa matsɔe akee o, ke boŋ Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe ame ma ŋu, eye wòaʋã ŋui; fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la, ava edzi, eye Yehowa atsrɔ̃ eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.

Mose V 32:22

Elabena nye ŋɔti me lé dzo, eye wòle bibi ge aɖe tsiẽƒe ke, afiã anyigba kple nusiwo wɔna le edzi, eye wòafiã towo ƒe gɔmegɔmea.

Hiob 7:9

Alilikpo buna, eye enu yina; nenema ke, ne amea ɖe yi tsiẽ la, megagbɔna o,

Hiob 21:30

wokpɔa ame vɔ̃ɖi ta le gbegblẽɣi, eye wotsonɛ ɖi le dɔmedzoedogbe oa?

Psalmowo 9:17

Ame vɔ̃ɖiwo kple dukɔ, siwo katã ŋlɔ Mawu be la, negbugbɔ yi tsiẽƒe.

Psalmowo 16:10

Elabena màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o.

Psalmowo 18:5

Tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm, eye ku ƒe adoboliwo va di kpem.

Psalmowo 21:8-9

Wò asi axe wò futɔwo katã, eye wò nuɖusi atu wò ketɔwo. Ne èdo la, àwɔ wo abe kpodzo ene; Yehowa ami wo le eƒe dɔmedzoe me, eye dzo afiã wo.

Psalmowo 55:15

Saɖagatsi nedze wodzi, woayi tsiẽ agbagbe, elabena vɔɖinyenye le wo nɔƒe, le woƒe dzi me.

Psalmowo 69:28

Woatutu wo ɖa le agbalẽ la me, eye womegaŋlɔ wo kpe de ame dzɔdzɔewo ŋu o!

Psalmowo 81:15

anye ne Yehowa ƒe adikãtɔwo avivi nu me na wo, eye woƒe ɣeyiɣi anɔ anyi tegbee;

Psalmowo 86:13

Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye, eye nèɖe nye luʋɔ tso keke tsiẽƒe ʋi ke.

Psalmowo 92:6-7

Gegeme menya esia o, eye bometsila medze sii o. Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.

Psalmowo 107:10-11

Wobɔbɔ nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, eye wobɔ pã wo ɖe hiã kple ga me. Elabena wosẽ to ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu, eye wodo vlo dziƒoʋitɔ la ƒe adaŋudede,

Psalmowo 145:20

Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.

Lododowo 9:18

Ke menyae be, ŋɔliwo le afima, eye be amesiwo wokpe la, tsiẽƒe ƒe aʋli me wole o.

Lododowo 15:11

Tsiẽƒe kple aʋlime le nuvo le Yehowa ŋku me, ʋuu keke wòahayi amegbetɔtowo ƒe dzi nye ge!

Lododowo 15:24

Nunyalawo ƒe agbemɔ do ta dzi, ne woaƒo asa na tsiẽƒe le anyi me.

Lododowo 23:13-14

Megagbe tohehe na ŋutsuvi la o; ne èƒoe kple ati la, menye kuku ge wòala o. Eƒoe kple ati, eye nèɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe.

Lododowo 27:20

Tsieƒe kple aʋli me maɖi ƒo akpɔ o; nenema amegbetɔ ƒe ŋku hã maɖi ƒoe o.

Nyagblɔla 12:13-14

Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ! Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.

Yesaya 10:17-18

Israel ƒe kekeli azu dzo, eye eƒe kɔkɔetɔ la azu dzoƒaɖe ahabi eƒe aŋɔkawo kple ŋuwo le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòafiã wo; agblẽ eƒe ave kple atibɔwo tso tu me vaseɖe tsrokpa dzi, eye wo nu ayi abe dɔnɔ ene;

Yesaya 11:3-4

Yehowa vɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu, madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nusi eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nusi eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye woatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe; atsɔ eƒe nu me likplɔ aƒo ŋutasẽla la, eye woatso eƒe nu me gbɔgbɔ awu ame vɔ̃ɖi lae.

Yesaya 13:6-11

Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene. Eyata asiwò katã ado agblɔ, eye amegbetɔwo ƒe dziwo katã alólo gbanaa. Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ! Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna, dziku kple dɔmedzoe heliheli, ne wòado gbegbe anyigba la, eye woatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi. Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe avũ kple avũtɔwo mana woƒe kekeli naklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli naɖi o. Matu xexeame ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ame vɔ̃ɖiwo ƒe vodada ŋu fe na wo, mana dadalawo ƒe dada nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.

Yesaya 13:13

Eyata matsɔ Yehowa Zebaot ƒe dzikudodo kple eƒe dɔmedzoedogbe ana dziƒo nadzo kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le enɔƒe.

Yesaya 14:9-11

Tsieƒe le to me ʋi dzo nyanyanya le ŋkuwò me, le esi neva do goe la ta; enyɔ ŋɔli, siwo nye anyigba dzi ŋusẽtɔwo katã le ŋkuwò me, ena dukɔwo ƒe fiawo katã tso le woƒe fiazikpuiwo dzi. Wo katã wòxɔ dzi gblɔ na wò bena: „Wò ha egbɔdzɔ abe míawo ke ene, ezu abe miawo ene. Wò atsyɔ̃ kple wò saŋkuwo ƒe ɖiɖi yi tsieƒe, wotsɔ nyẽwo ɖo aba na wò, eye ŋɔwo tsyɔ dziwò.

Yesaya 14:12-15

Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba! Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; malia alilikpowo ta me, eye mia kple dziƒoʋĩtɔ la mianɔ tasɔsɔ me. Ke woatutu wò aƒu tsieƒe, ɖe aʋli doblukɔ tsiɖitsiɖi la me.

Yesaya 26:14

Ame kukuwo me gagbɔa agbe o, eye ŋɔliwo megafɔna o; eyata nèhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètsi woƒe ŋkɔwo katã nu.

Yesaya 26:21

Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.

Yesaya 34:10

Matsi o zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee, atsi anyi gbegbee tso dzidzime yi dzidzime, eye amea ɖeke mato edzi akpɔ o tegbee.

Yesaya 38:18

Elabena tsieƒe mada akpe na wò o, ku saɖagatsi makafu wò o, eye amesiwo yi aʋli me la, makpɔ mɔ na wò nyateƒe o.

Yesaya 66:15-16

Elabena kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, ne woaɖo eteƒe le eƒe dɔmedzoe ƒe dziku me, eye wòablu le dzoƒaɖe me. Elabena dzo kple yi Yehowa atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu ŋutilãwo katãe, eye Yehowa ƒe ame wuwuwo asɔ gbɔ.

Yesaya 66:24

Eye woaɖo ayi, be woakpɔ amesiwo dze go ɖem la ƒe kukuwo; elabena woƒe nyẽwo maku o, woƒe dzo ma tsi o, eye woanye ŋunyɔ na ŋutilãwo katã.

Xezekiel 18:4

Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.

Daniel 7:11

Meɖo ŋku anyi le nu kpɔm le nya gãgã, siwo gblɔm lãdzoa le la ta; mede ŋku ɖee, vaseɖe esime wowu lã la, wogblẽ eƒe kukua, eye wotɔ dzoe.

Daniel 7:25-26

Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã. Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi.

Daniel 12:2

Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.

Maleaxi 4:1

Elabena kpo ɖa, ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene; ɖaɖalawo katã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la, afia wo masusɔ ke kple alo ɖi na wo o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Mateo 3:7

Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?

Mateo 3:10

Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.

Mateo 3:12

amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.

Mateo 5:21-22

Miese wogblɔ na blematɔwo bena: Megawu ame o; ke amesi ke awu ame la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃. Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.

Mateo 5:29-30

Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dome ɖeka nagblẽ, wu esi woatsɔ wò ame blibo la katã aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me. Eye ne wò nuɖusi ɖia nu wò la, lae ɖa le ŋutiwò, eye natsɔe aƒu gbe, elabena enyo na wò be, wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka nagblẽ, wu esi wò ame blibo la katã nagblẽ le dzomavɔʋe la me.

Mateo 7:13-14

Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mo la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.

Mateo 7:19-20

Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si wòe!

Mateo 7:21-23

Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!

Mateo 8:12

hafi fiaɖuƒe la ƒe viwo la, woatso wo aƒu gbe ɖe viviti, si le egodo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 10:28

Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.

Mateo 12:35-37

Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la. Eye mele egblɔm na mi bena; Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, wòabu akɔnta le eŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi. Elabena wò nyawo woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawo woatsɔ abu fɔ wò.

Mateo 13:38-42

ke abɔ la enye xexe la me, eye nuku nyui la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo; eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo. Azɔ la sigbe alesi woƒoa gbe wuwluiwo nu ƒu, eye wotɔa dzo wo la, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu. Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, exe woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 13:49-50

Nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu; mawudɔlawo lado go, eye woamã ame vɔ̃ɖiwo tso ame dzɔdzɔewo gbɔ; eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 16:18

Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.

Mateo 16:26-27

Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã? Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.

Mateo 18:3

Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.

Mateo 18:6

ke amesi ke laɖia nenem ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ bena, woatsɔ té atsi ɖe ko nɛ, eye woatsɔe aɖa ɖe ƒu ƒe gogloƒe, be wòano tsi aku.

Mateo 18:8-9

Ke ne wò asi alo wò afɔ ɖia nuwò la, lae ɖa, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo alo abɔkpo wu esi aba eve alo afɔ eve anɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me. Eye ne wò ŋku ɖia nuwò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka, wui esi ŋku eve nana asiwò, eye woatso wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.

Mateo 22:11-13

Ke esi fia la va kplɔ̃ŋutinɔlawo kpɔ ge ɖa la, ekpɔ amea ɖe le afima, si medo srɔɖewu o; eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te. Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 23:33

Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?

Mateo 24:51

eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu: afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 25:10-12

Ke esi woyi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la. Emegbe la ɖetugbi mamleawo hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋui na mí! Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mí o.

Mateo 25:30

Eye dɔla, si menyo na naneke o la, mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 25:31-33

Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsa gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me.

Mateo 25:41-46

Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me! Elabena da wum, eye miena nuɖuɖum o; tsikɔ wum, eya miena tsim o; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o. Tete woawo hã woaxɔ edzi nɛ agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbe míekpɔ wò bena, da le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o mahã? Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o. Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.

Marko 3:29

ke amesi agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu la, makpɔ tsɔtsɔke vaseɖe mavɔmavɔ me o; ke boŋ enyi nuvɔ̃ mavɔmavɔ ƒe fe;

Marko 8:36-37

Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

Marko 9:42-48

Ke amesi ke laɖia ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ wu bena, woatso té atsi ɖe ka ne, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe ƒu me. Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. Ke ne wò afɔ ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò be, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afa eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme; enyo na wò bena, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu esi ŋku eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.

Marko 16:16

Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.

Luka 3:17

amesi si lugbɔnu le, be wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la ƒu alɔ ɖe eƒe ava me; ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.

Luka 8:30-31

Eye Yesu biae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eye wògblɔ bena: Legio, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi ɖe eme. Eye woɖe kuku nɛ bena, megade se na yewo be, yewoayi ɖe do globo la me o.

Luka 9:25

Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, eye woatsrɔ̃, alo wòabu ye ŋutɔ ɖokui mahã?

Luka 10:15-16

Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wò ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa! Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke. Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.

Luka 12:5

Ke mafia amesi miavɔ̃ la mi: Miva amesi, ne ewu ame, emegbe la ŋusẽ le esi be, wòatsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me; ẽ, mele egblɔm na mi bena: Eyama miavɔ̃!

Luka 13:3

Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.

Luka 13:23-28

Eye amea ɖe gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ame ʋeea ɖewo koe akpɔ ɖeɖe mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o. Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o, ekema miade asi gbɔgblɔ me bena: Mieɖu nu, eye mieno nu le ŋkuwò me, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo me. Eye wòagblɔ bena: Mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o; mite ɖa le gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo katã! Afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ, ne miakpɔ Abraham kple Isak kple Yakob kple nyagblɔɖilawo katã le mawufiaɖuƒe la me, ke wotsɔ miawo ya ƒu gbe ɖe egodo.

Luka 16:19-31

Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me; ke ame dahea ɖe, si ŋkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ; eye wòle ɖiɖim be, yeaɖu nusiwo le dudum le kesinɔtɔ la ƒe kplɔ̃ dzi la, aɖi ƒo; ke avũwo hã va, eye woɖuɖɔ eƒe abiwo mo nɛ. Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii. Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu. Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena woatsɔ eƒe asibidenu ata tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me. Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem. Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gãa ɖe le mia kple miawo dome, ale bena, ne amewo le didim be, woatso afii ayi mia gbɔ la, womate ŋui o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mia gbɔ o. Eye wògblɔ bena: Ekema meɖe kuku na wò, fofo bena, nadɔe ɖe fofonye ƒe me; elabena nɔvi atɔ̃ le asinye, bena wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã nagava fukpeƒe sia o. Ke Abraham gblo bena: Mose kple nyagblɔɖilawo le wo si: woaɖo to woamawo! Eye wògbɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne amea ɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, wòatrɔ le woƒe dziwo me. Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.

Yohanes 3:16-20

Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi. Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o. Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o.

Yohanes 3:36

Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.

Yohanes 5:28-29

Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe: eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.

Yohanes 15:6

Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.

Dɔwɔwɔwo 2:27

Elabena magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be, wò mawumeme la nakpɔ nyunyɔ o.

Dɔwɔwɔwo 2:31

eye esi wòkpɔe ɖi la, eƒo nu le Kristo ƒe tsitretsitsi la ŋuti bena, womegblẽe ɖe tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã hã mekpɔ nyunyɔ o.

Romatɔwo 1:18-22

Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me. Eyata esi woɖe nusi woate ŋu anya le Mawu ŋuti la, fia le wo me la; elabena Mawu ɖee fia wo. Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o. Eyata esi wònye wonya Mawu hafi, gake womekafunɛ abe Mawu ene o, ke boŋ woƒe tamesusuwo zu yaka, eye woƒe dzi masenugɔmewo do viviti la. Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,

Romatɔwo 2:5-8

Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la, amesi aɖo teƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu: Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo; ke amesiwo lɔ̃a dzrehehe, eye womeɖoa to nyateƒe la o, hafi woɖoa to madzɔmadzɔnyenye boŋ la, wo tɔ anye dziku kple dɔmedzoe:

Romatɔwo 6:23

Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.

Romatɔwo 8:1-2

Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.

Romatɔwo 12:19

Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“

Romatɔwo 14:11-12

Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“ Eyata azɔ mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.

Korintotɔwo 5:10-11

Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃. Azɔ esi míenya Aƒetɔ la vɔvɔ̃ la, míeƒoa nya ɖe amewo nu, ke míedze ƒã le Mawu ƒe ŋku me; ke mele mɔ kpɔm bena, míedze ƒã le miaƒe dzitsinya me hã.

Kolosetɔwo 3:25

Elabena amesi ke wɔa nu madzɔmadzɔ la, axɔ nu madzɔmadzɔ, si wòwɔ la ƒe fetu, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele eme o.

Tesalonikatɔwo II 1:8-9

le dzo ƒe aɖe me, esime woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyuie la o, amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ,

Hebritɔwo 9:27

Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,

Hebritɔwo 10:26-27

Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li.

Hebritɔwo 10:29-31

fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã? Elabena míenyae amesi gblɔ be: „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe;“ eye wògagblɔ be: „Yehowa adrɔ̃ nɔnu eƒe dukɔ la.“ Enye ŋɔdzinu, ne amea ɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.

Petro I 3:18-19

Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome; esime hã wòtɔ edzi heyi, eye wògblɔ nya ɖia gbɔgbɔwo le gaxɔ me,

Petro II 2:1-3

Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi. Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo, eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.

Petro II 2:4-11

Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃; eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi; eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me; eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; — elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome, eye wòkpɔ, eye wòse woƒe dɔwɔwɔ, siwo mele sea nu o la, ewɔa fu eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la gbesiagbe; — ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo; ke vevietɔ amesiwo zɔna le ŋutilã nu le makɔmakɔnyenye ƒe nudzodzro la me, eye wodoa vlo aƒetɔnyenye la. Ame mabunuwo, ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo medzona nyanyanya, ne wogblɔ busunya ɖe ŋutikɔkɔewo ŋuti la o, wònye mawudɔlawo nye gatɔwo wu le ŋutete kple ŋusẽ me hafi; gake womehe busufɔbubu vɛ ɖe wo ŋuti le Aƒetɔ la ŋku me o.

Petro II 2:17

Amesiwo nye tsivudo, siwo me tsi mele o, kple alilikpo, siwo ahom ƒona yina gbɔna, amesiwo wodzra viviti tsiɖitsiɖi la ɖo ɖi na yi ɖe mavɔmavɔ me.

Petro II 3:7

Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.

Petro II 3:9

Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.

Yohanes I 3:15

Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.

Yohanes I 5:11-12

Eye ɖaseɖiɖi la enye si bena, Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe sia le Via me. Amesi si Vi la le la, agbe le esi; eye amesi si Mawu ƒe Vi la mele o la, agbe mele esi o.

Yuda 1:4

Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.

Yuda 1:6-7

Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:

Yuda 1:12-13

Amesiawo nye ɖiƒoƒo le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, esi woɖua nutsu nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔa le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo, ƒutsotsoe dzeagbo, siwo kplɔa woa ŋutɔwo ƒe ŋukpenanuwo va kɔna ɖe go, ɣletivi tramɔ, siwo wodzra ɖo hena viviti tsiɖitsiɖi yi ɖe mavɔmavɔ me la, wonye.

Yuda 1:23

miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.

Nyaɖeɖefia 1:18

kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.

Nyaɖeɖefia 2:11

Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.

Nyaɖeɖefia 9:1-2

Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpe ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotso aʋli me vudo ƒe safui nɛ. Eye woʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ lu tso vudo la me abe kpodzo gãa ɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti.

Nyaɖeɖefia 14:9-11

Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me. Eye woƒe fu wowɔ ƒe dzudzu la tu le dziƒo yim tso mava me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.

Nyaɖeɖefia 17:11

Eye lã, si nɔ anyi, eye megali o la, eya ŋutɔ hã enye enyilia, eye wònye adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe gbegblẽ me.

Nyaɖeɖefia 18:2-3

Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza. Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.

Nyaɖeɖefia 18:23-24

eye akaɖi ƒe keklẽ megale keklẽ ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o: elabena wò asitsalawo nye anyigba dzi megãwo; elabena woble dukɔwo katã to wò afakaka me. Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.

Nyaɖeɖefia 19:2-3

elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi. Eye wogagblɔ zi evelia bena: Mikafu Yehowa! Eye eƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Nyaɖeɖefia 19:13-15

eye wòdo awua de, si ŋu wohlẽ ʋu do, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya. Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim. Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.

Nyaɖeɖefia 19:17-18

Eye mekpɔ mawudɔla ɖekaa ɖe le tsitre le ɣe me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽa ɖe le gbɔgblɔm na xevi, siwo katã dzona le dziƒo titina la bena: Miva ƒo mia ɖokui nu ƒu ɖe Mawu ƒe nuɖuɖu gã la gbɔ, bena miaɖu fiawo ƒe lã kple aʋafiawo ƒe lã kple ame sesẽwo ƒe lã kple sɔwo kple wo dzinɔlawo ƒe lã kple ablɔɖeviwo kple kluviwo kple ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo katã ƒe lã.

Nyaɖeɖefia 19:20-21

Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe. Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.

Nyaɖeɖefia 20:1-3

Eye mekpɔ mawudɔla ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gãa ɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi via ɖe.

Nyaɖeɖefia 20:7-10

Eye ne ƒe akpe ɖeka la nu va yi la, woatu Satana le gaxɔa me, eye wòado go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ. Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lolo la ŋu, eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo. Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Nyaɖeɖefia 20:11-15

Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o. Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu. Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia. Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.

Nyaɖeɖefia 21:8

Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.

Nyaɖeɖefia 22:11

Amesi ke wɔa vɔ̃ la, neno vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nena nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.

Nyaɖeɖefia 22:18-19

Mele ɖase ɖim na amesiame, si le agbalẽ sia me nyagblɔɖilawo sem la bena, ne amea ɖe tso nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la akpe ɖe eŋuti nɛ, eye ne amea ɖe aɖe nane le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net