21 – Tadedeagu
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Tadedeagu.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Tadedeagu.
Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la! Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena: Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.
”Esia ke ŋuti hã Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.
”Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu. Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo! Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi ɖe menye ke; nye dzi kple nye ŋutilã le aseye tsom de Mawu gbagbe la ŋu. Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afisi wòatsɔ viawo aɖoe, eye nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot, nanye kple Mawunye. Woayra amesiwo le aƒewò me la; woakafu wò ɖaa. Sela.
”Esi Henox zɔ kple Mawu ta la, ebu vĩ, elabena Mawu kplɔe dzoe.
”Ke Melxizedek, Salem-fia, tsɔ abolo kple wein vɛ; ame sia enye Mawu dziƒoʋitɔ ƒe nunɔla. Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram! Eye woakafu Mawu dziƒoʋĩtɔ, si tso wò futɔwo ɖe asi na wò la! Tete Abram tso nuawo katã ƒe ewolia ne.
”Ke Abram gblɔ na Sodom-fia bena. Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la
”Tete Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu ƒo nu kplii bena:
”Eye ŋutsu la dze klo na Yehowa hetsyɔ mo anyi
”Tete medze klo na Yehowa, eye metsyɔ mo anyi hekafu Yehowa, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, si kplɔm nyuie ale, be maɖe nye aƒetɔ nɔvi ƒe vinyɔnu na ye aƒetɔ ƒe vi la.
”Ke esi Abraham ƒe dɔla se nya siawo la, etsyɔ mo anyi na Yehowa.
”Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋuvea ɖe me. Esi wòlé ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ bena, ŋuve la le bibim, gake mele fiafiãm o.
”Eye wògblɔ bena: Megale va afisia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!
”Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ;
”gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.
”Le ŋkeke me la Yehowa zɔa wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me, bena wòafia mɔ wo; eye le zã me la eklẽna na wo le dzobibia ɖe me, bena woate ŋu azɔ zã kple keli. Ŋkeke me la alilikpo dodo la medzona le dukɔ la gbɔ o, eye le zã me la dzobibi la nɔa wo ŋgɔ.
”Tete mawudɔla, si le Israel ƒe aʋakɔa ŋgɔ la, dzo yi ɖe wo megbe; eye alilikpo dodo la dzo le wo ŋgɔ yi wo megbe.
”Ɣemaɣi Mose kple Israel-viwo dzi ha sia na Yehowa bena: Madzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede sɔ kple sɔdola ƒu. Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi!
”Yehowa, wò nuɖusi netsɔ de bubu ɖokuiwò ŋu le ŋusẽ me, Yehowa, wò nuɖusi kaka futɔwo hlẽ. Ewo nu tsu geɖe, eye neƒo wò ketɔwo ƒu anyi. Wò dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu, eye wòfiã wo abe gbe ene.
”Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?
”Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe.
”Esi Aron ƒo nu kple Israel-viwo ƒe ha bliboa la, wòtrɔ ŋgɔ dze gbedzi lɔƒo, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia le alilikpoa ɖe me.
”Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mava gbɔwò le alilikpo dodoa ɖe me, be ne mele nu ƒom kpli wò la, dukɔ la nasee, eye woaxɔ dziwò ase tegbee. Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.
”Eye le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodoa ɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanyanya. Eye Mose kplɔ dukɔ la tso asaɖa la me yi Mawu kpe ge, eye wotsi tre ɖe to la te. Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.
”Esi Mose yi toa dzi la, tete alilikpo va tsyɔ to la. Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe va nɔ Sinai-to la dzi, eye alilikpo tsyɔ to la ŋkeke ade sɔŋ Le ŋkeke adreagbe la eyɔ Mose tso alilikpo la me. Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na Israel-viwo le toa tame abe dzobibi ene. Eye Mose to alilikpoa me lia to la, eye Mose nɔ toa dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ.
”Kerubi eve, siwo le nubablaɖaka tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye magblɔ nya, siwo katã made asi na Israel-viwo la na wò tso afima.
”Ne me da, gake nye ŋku me la, amea ɖeke makpɔe akpɔ o. Mose yi ɖe agbadɔ la me la, alilikpo dodoa ɖe ɖina va nɔa agbadɔ la nu, eye wòƒoa nu kple Mose. Eye ne dukɔ blibo la kpɔ alilikpo dodo la le agbadɔa nu la, dukɔ la katã tsia tre, eye amesiame dea ta agu ɖe eƒe agbadɔ nu. Eye Yehowa ƒɔ nu kple Mose ŋku me kple ŋku me, abe alesi ame kple xɔlɔ̃a ƒoa nui ene; emegbe egatrɔna yia asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua. Nun vi, amesi nye eƒe subɔla la, medzona le agbadɔ la me o.
”Eɖo ŋu bena: Nye ŋutɔ manɔ, me akplɔ mi ayi afisi miagbɔ ɖe eme le la.
”Eɖo ŋu bena Meɖe kuku, na makpɔ wo ŋutikɔkɔe la! Exɔ dzi bena: Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la nato ŋkuwò me ayi, eye maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le, ŋgɔwò. Amesi nu medi be, mave la, eya nu mave, eye amesi ke meɖi be, makpɔ nublanui na la, eya makpɔ nublanui na. Eye wògagblɔ bena: Mate ŋu akpɔ nye ŋku me o, elabena amea ɖeke makpɔm aganɔ agbe o. Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, teƒea ɖe le gbɔnye, va tsi tre ɖe agakpe la dzi. Ne nye ŋutikɔkɔe tso me yina la, ekema maɣla wò ɖe agakpe la to me, eye matsɔ nye asi abu dziwò, vaseɖe esime matso me ayi. Ne meɖe nye asi le dziwò la, ekema akpɔ yonyeme da, gake nye ŋku me la, amea ɖeke makpɔe akpɔ o.
”Eye Yehowa ɖi va le alilikpo me, eye wòtsi tre ɖe egbɔ le afima, eye woɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ŋkɔ. Eye Yehowa va to eŋuti yi heɖe gbe ƒã bena: Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. Tete Mese wɔ kaba tsyɔ mo anyi, eye wodo gbe ɖa
”Megade ta agu na mawu bubuwo o, elabena Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla.
”Tete alilikpo tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ. Ke Mose mete ŋu yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me o, elabena alilikpo tsyɔ edzi, eve Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ.
”Le woƒe mɔzɔzɔwo katã me la Mawu ƒe alilikpo la nɔ nɔƒe la dzi le ŋkeke me, ke edzena na Israel ƒe aƒe blibo la le zã me abe dzo ene.
”Eye Mose kple Aron woyi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me; eye esi wodo go la, woyra dukɔ la. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia dukɔ blibo la. Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.
”Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.
”Gbesigbe wotu nɔƒea la, alilikpo va tsyɔ agbadɔ, si me sea le la dzi, eye wòdzena le nɔƒe la dzi le fiẽ abe dzo ene vaseɖe ŋdi. Alea wònɔ ɖaa; alilikpo la tsyɔ edzi, eye wòdze le zã me abe dzo ene.
”Gake zi alesi mele agbe, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba blibo la dzi la, ayɔ anyigba blibo la dzi
”Eye Korax ƒo ha blibo la nu ƒu ɖe wo ŋu heva Mawu ƒe agbadɔ la nu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ha blibo la.
”Esi ha blibo la kpe ta ɖe Mose kple Aron ŋu la, woawo trɔ ɖo ta Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eve kpɔ ɖa, alilikpo tsyɔ edzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia.
”Ke Mose kple Aron dzo le ha la gbɔ yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wotsyɔ mo anyi; tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.
”Eye Yehowa ʋu Bileam ƒe ŋkuwo wòkpɔ, alesi Yehowa ƒe dɔla tsi tre ɖe mɔ dzi ɖi yi ɖe asi. Tete wòde ta agu hetsyɔ mo anyi.
”Amesi sea Mawu ƒe nyawo la, ƒe gbe enye si, amesi dzea si dziƒoʋitɔ ƒe susuwo, amesi ŋusẽkatãtɔ ɖea nuwo fiana, amesi tsyɔ mo anyi, ke eƒe ŋkuwo le te.
”Ekpɔe, ne nanyae be, Yehowa enye Mawu, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o; Ena nèse eƒe gbe tso dziƒo, bena wòafia nu wò, eye wòna nèkpɔ eƒe dzo gã la le anyigba dzi, eye nèse eƒe gbe tso dzo la me.
”Eyata nyae egbea, eye wòaɖe dzi gbɔ na wò bena, Yehowa enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi, eye bubua ɖeke meli kpe ɖe eŋu o;
”eye wogblɔ bena: Yehowa, mía Mawu, na miekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye, eye miese eƒe gbe tso dzo la me; egbe miekpɔ bena, Mawu ƒo nu kple amegbetɔ tso wogale agbe.
”Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe! Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la.
”Elabena Yehowa, mia Mawu la, enye mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le, amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnua ɖeke o;
”Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, ku ɖe eŋu, eye eƒe ŋkɔ dzi naka atam ɖo. Eya nye wò kafukafu kple wò Mawu, si wo nu gã dziŋɔwo, esiwo nèkpɔ kple ŋku la na wò.
”Ne mèlé se sia ƒe nyawo katã, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi hewɔ wo dzi o, eye mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la,
”Elabena mele Yehowa ƒe ŋkɔ kafu ge, mide bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu! Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.
”Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.
”Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me. Blema-Mawu la enye sitsoƒe, kple abɔ mavɔwo le anyigba afi. Enyã futɔwo le ŋgɔwò, eye wògblɔ be: Mitsrɔ̃ wo!
”Eɖo ŋu be: Gbeɖe, ke boŋ Yehowa ƒe aʋafia menye; azu medo enye si! Tete Yosua tsyo mo anyi hede ta agu, eye wòbiae bena: Nya ka le nye aƒetɔ si na eƒe dɔla? Yehowa ƒe aʋafia la gblɔ na Yosua bena: Ɖe wò atokota le afɔ, elabena teƒe, si nèle tsitre ɖo la, teƒe kɔkɔe! Tete Yosua wo nenema.
”Eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze aɖaka la ŋgɔ. Ke le ŋkeke adreagbe la woazɔ aƒo xlã du la akpe ɖo zi adre, eye nunɔlawo naku akɔfɛawo. Ne wonyã ku lãdzoawo tsiã ɖe nu miese ko la, dukɔ blibo la natso aseye hoo, ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme, eye dukɔ la nakpɔ ŋgɔ tẽ age ɖe me.
”Tete dukɔ la tso aseye, eye woku akɔfɛawo. Esi dukɔ la se akɔfɛawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye hoo, tete ɖu la ƒe gliwo mu ɖo baba, eye dukɔ la ge ɖe dua me, amesiame kpɔ ŋgɔ tẽ, eye woxɔ du la.
”Tete Yosua dze eƒe awuwo, eye eya kple Israel ame tsitsiwo tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ vaseɖe fiẽ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me.
”Mi fiawo, misee; mi amegãwo, miƒu to anyi! Mele ha dzi ge, Yehowae mele ha dzi ge na, Yehowa, Israel ƒe Mawu lae mele saŋku ƒo ge na!
”Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle nye ŋkɔ, si nye nukunu la, ta biam? Tete Manoax lé gbɔ̃vi hekpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu, eye wosa vɔ le agakpea ɖe dzi na Yehowa. Eye wòwɔ nukunu Manoax kple srɔ̃a wokpɔ. Esi dzo ƒe aɖewo de dzi le vɔsamlekpuia dzi la, Yehowa ƒe dɔla to vɔsamlekpui la ƒe dzo ƒe aɖeawo me yi dzi Manoax kple srɔ̃ wokpɔ. Tete wotsyɔ mo anyi.
”Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!
”Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la le ɣe ɖum kple ŋusẽ katã hele ha dzim ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ŋu le Yehowa ŋku me.
”Dawid ɖu ɣe kple ŋusẽ katã le Yehowa ŋku me, eye Dawid do aklala-kɔmewu. Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la te aseye tsom le kpẽ kum hetsɔ Yehowa ƒe aɖaka la yii. Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.
”Meyɔ Yehowa, amesi dze bubu, eye medo tso nye futɔwo si me.
”Yehowa ɖe gbe tso dziƒo, eye dziƒoʋitɔ la na eƒe gbe ɖi.
”Eyata mele kafuwòm, Yehowa, le dukɔwo dome, eye mele kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.
”Eye wòva me, esime nunɔlawo do tso kɔkɔeƒea la, alilikpo ya Yehowa ƒe xɔ la taŋ; eye nunɔlawo mele ŋu no le, be woasubɔ o, le alilikpoawo ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Yehowa ƒe xa la taŋ.
”Eye Salomo te ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel-ameha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo do ɖe dziƒo gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mele abe wò ene le dziƒo afime kple anyigba dzi afi o; èdzra nubabla kple amenuveve ɖo na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple woƒe dzi blibo.
”Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.
”Eye esi dukɔ blibo la kpɔe la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Yehowae nye Mawu, Yehowae nye Mawu!
”Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.
”Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.
”Tete Dawid kple Israel blibo la le ɣe ɖum le Mawu ŋku me kple ŋusẽ katã ɖe hadzidzi, saŋku kple kasaŋku, asiʋui kple gakogoe kpakple kpẽwo ŋu.
”Eye Dawid gblɔ na Lewi-viwo ƒe amegãwo be, woaɖe wo nɔvi, siwo nye hadzilawo, ne woatsɔ hadzinuawo, siwo nye: saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, eye woana dzidzɔha nade dzi.
”Dawid kple Lewi-vi, siwo tsɔ aɖaka la, hadzilawo kpakple agbatsɔlawo kple hadzilawo ƒe tatɔ Kenanya wodo aklaladziwui, eye Dawid ɖo aklalakɔmewu. Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoe ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋku ƒom sesĩe hetso Yehowa ƒe nubablaɖaka la yii. Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la ɖo Dawid ƒe dua me la, Mixal, Saul vinyɔnu, do ko ɖe fesre nu kpo alesi fia Dawid le kpo tim le ɣe ɖumee; tete woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.
”Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ! Miɖe gbe ƒã eƒe nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome! Midzi ha ne, miƒo saŋku nɛ, eye miƒo nu le eƒe nukunuwo katã ŋuti! Mitsɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee, amesiwo dia Yehowa la ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ! Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ ta se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa!
”Anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa; miɖe gbe ƒã eƒe xɔxɔ la gbawotsyogbe! Miƒo nu le eƒe ŋutikɔkɔe ŋu le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo ŋu le anyigbadzitɔwo katã dome. Elabena Yehowa lolo, edze kafukafu ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye legbawo, ke Yehowa wo dziƒo. Keklẽ kple atsyɔ̃ɖoɖo le egbɔ, eye ŋusẽ kple dzidzɔ le enɔƒe. Mi dukɔwo ƒomeawo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa. Yehowa ye miatsɔe na! Mide bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, mitso nunanawo va eŋku mee, eye miɖo atsyɔ̃ kɔkɔe ade ta agu na Yehowa! Anyigba blibo la ƒo kpakpakpa le eŋku me; ena anyigba li ɖi sesĩe, be megaʋã o. Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, anyigba netso aseye, eye woagblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia! Atsiaƒu kple eme nuwo neɖe gbe, eye agble kple eme nuwo katã nekpɔ dzidzɔ. Ekema avemetiwo atso aseye le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba! Mido akpe na Yehowa, elabena eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee! Eye migblɔ be: Wò Mawu, miaƒe xɔla, xɔ na mi, ƒo nua nu ƒu, eye ɖe mi tso dukɔwo si me, ne míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye miatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee! Woakafu Yehowa Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Tete dukɔ blibo la gblɔ be: Nenɔ alea! Eye wokafu Yehowa.
”eye ele na wo be, woatsi tre ɖi ŋdi sia ŋdi, ne woada akpe na Yehowa, eye woakafui; alea woawo le fiẽ hã.
”Tete Dawid kafu Mawu le ameha blibo la ŋku me gblɔ bena: Woakafu wò Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, tso mavɔ me yi mavɔ me! Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi. Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nusianu dzi; gãnyenye kple ŋusẽ le asiwò me, eye gbɔwò wòtsona be, amea ɖe nazu gã, eye woakpe ŋusẽ. Eyata, mia Mawu, míele akpe dam na wo, eye miele wò ŋutikɔkɔe ƒe ŋkɔ la kafum;
”Eye wòva me, esime nunɔlawo do tso kɔkɔeƒe la, — elabena nunɔla, siwo katã le eteƒe la, wɔ wo dokui kɔkɔe, ale be womete ŋu de vovo woƒe hawo dome o, — eye Lewi-viwo, siwo nye hadzilawo katã, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viwo kpakple wo nɔviwo do aklalawu, wolé gakogoe, saŋku kple kasaŋku ɖe asi, eye wotsi tre ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe gome, eye nunɔla alafa ɖeka kple blave le kpẽ kum le wo gbɔ, esime kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa, eye woda akpe ne zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ɖi sesĩe, eye esime wokafu Yehowa be: eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee la, tete alilikpo yɔ Yehowa ƒe xa la; eye nunɔlawo mete ŋu nɔ te, be woasusɔ o, le alilikpoawo ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu ƒe xɔ la.
”Eye wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo. Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mede nuwò le dziƒo kple anyigba dzi o, èléa nubabla kple amenuveve me ɖe asi na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple dzi blibo.
”Elabena nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o!
”Esi Salomo do gbe da vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numevɔsawo kple akpedavɔsawo, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la. Eye nunɔlawo mete ŋu yi ɖe Yehowa ƒe xɔ la me o, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Yehowa ƒe xɔ la. Israel-viwo katã kpɔ, alesi dzo la ɖi ɖe anyi kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le xɔ la dzi, tete wobɔbɔ hede ta agu de kpenyigba la dzi, eye wodo gbe ɖa heda akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.
”Nunɔlawo tsi tre ɖe wo nɔƒe, eye Lewi-viwo lé Yehowa ƒe hadzinu, siwo fia Dawid na wowɔ la, ɖe asi, ne woatsɔ Dawid ƒe kafukafuha ada akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee; nunɔlawo tsi tre ɖe wo kasa le kpẽwo kum, eye Israel blibo la le tsitrenu.
”Eye wògblɔ nɛ be: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ no eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre le eƒe ɖusi kple mia me.
”Tete wòɖo aɖaŋu kple dukɔ la be, ne woho la, yeaɖo Yehowa ƒe hadzilawo, siwo ɖoa atsyɔ kɔkɔe hedzia kafukafuha la, akpablalawo ŋgɔ, eye woanɔ ha dzim be: Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee!
”Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.
”Ale Israel-vi, siwo le Yerusalem la, ɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre kple dzidzɔ gãa ɖe, eye Lewi-viwo kple nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe hadzinuwo kafu Yehowa gbesiagbe sesĩe.
”Esi xɔtulawo ɖo gbedoxɔ la gɔme anyi la, nunɔlawo le woƒe awuwo me tsi tre ɖi, eye wotsɔ kpẽwo ɖe asi, eye Lewi-vi, siwo nye Asaf viwo la, tsɔ gakogoewo ɖe asi, ne woakafu Yehowa, abe alesi Israel-fia Dawid ɖo ene. Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be. Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi Eye ɖukɔ blibo la tso aseye sesie, esime wole Yehowa kɔfum, le esi woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi ŋuti.
”Eye esi wole fiẽnuɖuvɔ sam la, metsi tre tso nye nuxaxa me, eye nye awu kple nye awu ʋlaya la dzedze, eye medze klo heke nye abɔwo me na Yehowa, nye Mawu la,
”Ezra kafu Yehowa, Mawu gã la, eye dukɔ blibo la wu asi dzi heɖo ŋu bena: Neva me! Neva me! Wobɔbɔ hede ta agu de Yehowa ŋku me, eye wotsyɔ mo anyi.
”Tete Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Euni, Serebya, Bani kple Kenani wotsi tre ɖe Lewi-viwo ƒe kɔkɔƒe la, eye wodo ɣli kple gbe sesi na Yehowa, woƒe Mawu la. Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta. Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.
”mègblẽ wo ɖe gbea dzi o le wò nublanuikpɔkpɔ ga la la; alilikpo dodo la medzo le wo gbɔ le ŋkeke me o, be wòakplɔ wo ato mɔ dzii, eye dzo babla la megbe keklẽ na wo le zã me le mɔ, si woto la dzi o.
”Esi wole Yerusalem ŋu gliawo ŋu kɔ ge la, woɖadi Lewi-viwo tso wo nɔƒewo katã vɛ, ne woatsɔ akpedahawo, hadzidziwo, gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aɖu glia ŋu kɔkɔ ŋkekenyuie kple dzidzɔ ŋkekenyuie lae.
”Elabena tso gbaɖegbe ke le Dawid kple Asaf ŋɔli amegãwo le hadzilawo kple Mawu ƒe kafukafuhawo kpakple akpedahawo nu.
”Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa gblɔ bena: Amama mele tso ɖanye ƒe ɖɔ me, eye ama ma manɔ agayi Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ!
”Nyee wònyea, anye ne matrɔ ɖe Mawu ŋu, eye matsɔ nye nya ade asi na Mawu, amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o,
”Ɖe àte ŋu ake ɖe Mawu ƒe agunu ŋua? Alo ale ŋu ade ŋusɛ̃katãtɔ ƒe mlɔeanu kekeakea?
”Azɔ ne èdzra wò dzi do, eye nèke wò alɔwo me nɛ,
”Ke nyea menyae be, nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me. Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu. Makpɔe na ɖokuinye, nye ŋutɔ nye ŋkuwo akpɔe, eye menye ame bubu o. Ele nye ayikuwo dzrom le dɔ me.
”ekema ŋusẽkatãtɔ anye sika kple klosalo na wò gleglegle. E, ekema àkpɔ dzidzɔ le ŋusẽkatãtɔ ŋu, eye àwu wò mo dzi na Mawu.
”Kpɔ ɖa, Mawu tsɔa eƒe ŋusẽ wɔa nu tsuwo; eye ameka nye nufiala abe eya ene? Ameka ɖo eƒe mɔwo nɛ, eye ameka kpɔ mɔ agblɔ nɛ be: Ewɔ nu manyomanyo? Ke boŋ ɖo eƒe nuwɔwɔ, siwo ŋu amegbetɔwo dzia ha le la, ɖe dzi!
”Ẽ, esia na nye dzi lã kpokpokpo, eye wòbu ɖe dɔ me nam. Oo, mise eƒe gbeɖeɖe hoo kple bublu, si dona tsoa eƒe nu me la ɖa! Eɖea asi eŋu ɖona ɖe dziƒo blibo la te, eye eƒe dzikedzo dea anyigba ƒe mlɔeanu. Emegbe wòxlɔ̃na, eye wòɖea gbe fiatɔe, naneke mexea mɔ nɛ o, ke boŋ wosea eƒe gbe. Mawu ɖea gbe nukutɔe, ewɔa nu gã, si mele nyanya me o.
”Ɖe enya alesi alilikpowo nɔa agba sami, nusi nye nunyala ŋutɔŋutɔ ƒe nukunuwɔwɔa?
”Sika tsoa anyiehe, eye atsyɔ̃ɖoɖo, si dzia ŋɔ la, le Mawu ŋu. Ŋusẽkatãtɔ la, amea ɖeke matui o, eƒe ŋusẽ tri akɔ, ke metea se kple dzɔdzɔenyenye blibo ɖe to o.
”Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.
”Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.
”Makafu Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti, eye menyɔ Yehowa, dziƒoʋitɔ la, ƒe ŋkɔ.
”Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu. Yehowa, mía Aƒetɔ, wò amesi na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!
”Yehowa, mía Aƒetɔ, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!
”Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ŋutsuvi la ƒe ku“ ƒe gbeɖiɖi nu. Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia. Makpa dzidzɔ, dzi adzɔm de ŋuwò, eye manya wo ŋkɔ, wò dziƒoʋitɔ,
”Midzi katukafuha na Yehowa, amesi le Zion, miɖe gbe ƒã ele nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome!
”na maxlẽ nya afia le wò ŋkɔxɔxɔwo katã ŋu le Zion-vinyɔnu ƒe duwo me, eye matso aseye le xɔname ŋuti.
”Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.
”Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.
”Ke nyea mele ŋu ɖom ɖe wò amenuveve ŋu; nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti. Madzi ha na Yehowa, elabena ewo dɔmenyo nam.
”Dzram ɖo abe gadaglamakui le ŋkuvi me ene; ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te
”Na henɔ la, tso Yehowa ƒe dɔla Dawid gbɔ, amesi gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le ɣeyiɣi, si me Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã si me kpakple Saul si me. Eye wògblɔ bena: Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o; Yehowa, nye agakpe, nye ma kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso, nye akpoxɔnu, nye xɔname ƒe dzo kple nye bebeƒe! Meyɔ Yehowa, amesi dze kafukafu, eye wòɖem tso nye futɔwo si me.
”Yehowa ɖe gbe le dziƒo, eye dziƒoʋitɔ la na wose eƒe gbe.
”Fɔɖiɖi mele Mawu ƒe mɔ ŋu o, Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso la. Elabena Mawu kae li kpe ɖe Yehowa ŋu, eye agakpe kae kpe ɖe mía Mawu la ŋu?
”Yehowa le agbe, woakafu nye agakpe, eye woado nye xɔxɔ ƒe Mawu la ɖe dzi.
”Dawid ƒe ha na henɔ la. Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbe ƒã ɖem eƒe asinuɖɔwɔwɔ.
”Yehowa, tso kple wò kamesesẽ, ekema míadzi ha, eye míakafu wò ŋusẽ!
”Ke wò la, ele kɔkɔe, eye nèbɔbɔ nɔ Israel ƒe kafukafuwo dome gli.
”Matsɔ wò ŋkɔ ade gbe ƒae na nɔvinyewo, eye makafu wò le amehawo dome be: Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa la, mikafui! Mi Yakob-ƒomeawo katã, mibui! Mi Israel-ƒomeawo katã, misi eƒe ŋku me! Elabena medo vlo, eye menya ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wodo ɣli nɛ la, eɖo to. Gbɔwòe nye kafukafuha tso le ameha gãwo dome. Maxe nye adzɔgbeɖefe le amesiwo vɔ̃nɛ la ŋku me. Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; amesiwo biaa Yehowa ta sena la, nekafui! Agbe neɖo miaƒe dzi ŋu tegbee! Anyigba ƒe mlɔenuwo katã aɖo ŋku edzi atró ɖe Yehowa ŋu, eye dukɔwo ƒe ƒomeawo katã ade ta agu ɖe ŋkuwò me. Elabena Yehowa tɔ enye fiaɖuƒe la, eye wòle fia ɖum ɖe dukɔwo dzi. Amesiwo katã da ami le anyigba dzi la, ade ta agu ɖe eŋku me, eye amesiwo katã aɖo agu ɖe ke me la, adze klo nɛ. Ke nye luʋɔ ya le agbe nɛ.
”Mi agbowo, mikɔ ta dzi, mi blemaʋɔtruwo, mitɔ dzi, ne bubufia la nage ɖe eme! Amekae henye bubufia la ma? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa aʋakalẽtɔ lae! Mi agbowo, mikɔ ta dzi, mi blemaʋɔtruwo, mifɔ dzi, ne bubufia la nage ɖe eme! Ameka goe henye bubufia la? Yehowa Zebaot ye, eyae nye bubufia la! Sela.
”Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.
”Azɔ nye ta kɔ dzi ɖe nye futɔ, siwo ƒo xlãm godoo la ŋuti mase aseyetsovɔ le eƒe agbadɔ me, madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa. Yehowa, mele yɔwòm kple ɣli, see, ve nunye, eye natɔ nam! Nye dzi tsa wò nya gaɖo ŋkuwò me be: „Midi ŋkunye me!“ Yehowa, ŋkuwò me madi.
”Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.
”Dawid ƒe ha. Mi mawuviwo, mitsɔbubu kple ŋusẽ na Yehowa, Yehowa ye míatsɔe na! Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu bubu nɛ; mide ta agu na Yehowa le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me Yehowa ƒe gbe di ɖe tsiwo dzi; bubu ƒe Mawu la ɖe gbe, Yehowa ɖe gbe ɖe tsi gãwo dzi. Yehowa ƒe gbe ɖi kple ŋusẽ, Yehowa ƒe gbe ɖi le ŋutikɔkɔe me.
”Yehowa ƒe gbe na fu ɖu zinɔwo, eye wòkɔ avemetiwo ta; eye nusianu le gbɔgblɔm le eƒe gbeɖoxɔ me be: Bubu! Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli ɖe tɔɖɔɖɔ dzi; Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli abe fia ene tegbee.
”Midzi kafukafuha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!
”Ena nye nuxaxa zu ɣeɖuɖu nam; èɖe akpanya le ŋunye hetsɔ dzidzɔ bla ali dzi nam, ne nye bubu nadzi kafukafuha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. Yehowa, nye Mawu, makafu wò tegbee!
”Migli kple dzidzɔ, mi ame dzɔdzɔewo, de Yehowa ŋu; kafukafuha dze nuteƒewɔlawo! Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo saŋku ka ewo tɔ nɛ! Midzi ne yeye na; mitɔ asi kaawo nu kple ŋusẽ!
”Dawid tɔ, esime wòdo aɖaoatɔ eɖokui le Abimelex ŋku me, eye wònyãe wòdzo. Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi, eye eƒe kafukafu ano nunya me ɖaa. Nye luʋɔ atsɔ Yehowa aƒo aɖegbee, hiãtɔwo asee, eye woakpɔ dzidzɔ. Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina miaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!
”Ekema manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le eme geɖewo dome.
”Amesiwo ŋu nye dzɔdzɔenyenye dze la, atso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ahanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa, amesi ŋu eƒe dɔla ƒe ŋutifafa dze la, lolo! Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòakafu wò gbesiagbe.
”ede ha yeye nunye kple kafukafuha na mía Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖo wo, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.
”Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò! Amesiwo dia wò xɔname la, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa lolo!
”Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee. Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!
”Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la. Alesi zinɔ ƒe veme ƒuna ɖe tɔʋu ŋu la, nenema nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò, Mawu! Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu; gbekagbe made ahado ɖe Mawu ŋku me?
”Ŋkeke me la Yehowa ɖɔ eƒe amenuveve ɖa, le zã me la eƒe ha le nunye, eye medo gbe ɖa na nye agbe ƒe Mawu la.
”ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la!
”Ta wò yi, wò bubu kple wò atsyɔ̃ɖoɖo ɖe ali, wò kalẽtɔ! Nɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo me, naho, eye yi le nyateƒenya la kple nya dzɔdzɔe, si wote ɖe to la ta, eye wò nuɖusi afia nu dziŋɔwo wɔwɔ wò!
”Mawu, wò fiazikpui li ɖaa tegbee; wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe.
”Mana woaɖo ŋku wò ŋkɔ dzi le dzidzimewo katã me; eyata dukɔwo akafu wò ɖaa tegbee.
”Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!
”Korax viwo ƒe ha na henɔ la. Mi dukɔwo katã, miƒu akpe, eye mitsɔ aƒadodo tso aseye ɖe Mawu ŋu! Elabena ŋɔdzi le Yehowa dziƒoʋitɔ la ŋu, fia gã wonye ɖe anyigba blibo la dzi.
”Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa kple kpẽ ƒe ɖiɖi. Midzi kafukafuha na Mawu, midzi kafukafuha hee! Midzi kafukafuha na mía fia la, midzi kafukafuha! Elabena Mawue nye fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi nufiameha! Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi, Mawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi. Dukɔwo ƒe ame ŋkutawo ƒo ƒu, wonye Abraham ƒe Mawu la ƒe dukɔ; elabena Mawu tɔ enye anyigba ƒe akpoxɔnuwo. Eɖo kpo ŋutɔ.
”Korax-viwo ƒe ha. Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.
”Elabena Mawu siae nye mía Mawu ɖaa tegbee, eye akplɔ mí vaseɖe ku me.
”Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la! Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!
”Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!
”Mawu, nye xɔname ƒe Mawu, ɖem tso hlɔ̃fe me, ekema nye aɖe atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti! Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbe ƒa wò kafukafu!
”Oo, Mawu, kɔ ɖokuiwò ɖe dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!
”Nye dzi dze eme, Mawu, nye dzi dze eme; madzi ha, eye maƒo saŋku.
”Ke nye la madzi ha le wò ŋusẽ ŋu, eye le ŋdi la matso aseye ɖe wò amenuveve ŋu, elabena wòe nye nye mɔ̃ sesẽ kple sitsoƒe le nye xaxaɣi. Nye ŋusẽ, wòe madzi ha na, elabena Mawu, nye amenuveve ƒe Mawu lae nye nye sitsoƒe.
”Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefe gbesiagbe.
”Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi. Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi. Ale metsa ŋu na wò le kɔkɔeƒe la, be makpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe. Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò. Ekema makafu wò le nye agbe me katã, eye mawu nye asiwo dzi le wò ŋkɔ me. Nye luʋɔ aɖi ƒo, abe alesi woɖua ami kple lãmi ene, eye nye nu atsɔ aseyetsonuyiwo akafu wò. Ne medo ŋku dziwo le nye aba dzi, ne menya le zã, eye mebu ŋuwò le,
”Ke fia la akpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ŋu, eye amesiame, si ka atam le egbɔ la, aƒo adegbe; elabena woate nu ɖe nu me na aʋatsokalawo.
”Dawid ƒe ha. Ha na henɔ la. Mawu, kafukafuha edze wò le Zion, eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na.
”Ha na henɔ la. Mí anyigbawo katã, mitso aseye na Mawu! Midzi ha na eƒe ŋkɔ ƒe bubu, eye mido kɔkɔe eƒe kafukafu la! Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò. Anyigbawo katã ade ta agu na wò, eye woadzi kafukafuha na wò, woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ. Sela.
”Ele fia ɖum le eƒe ŋusẽ me tegbee, eƒe ŋku le tsatsam le dukɔwo dzi. Tosẽlawo megafɔ wo ɖokui ɖe dzi o! Sela. Mi dukɔwo, mikafu mía Mawu la, eye mina eƒe kafukafu naɖi woase!
”Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ! Mita mɔ na amesi tso gbedzi gbɔna; Yehowae nye eŋkɔ, eye mitso aseye le eŋku me!
”anyigba ʋuʋu, Sinai sia hã, le Mawu ŋku me, eye dziŋgɔ ge la le Mawu, Israel ƒe Mawu la, ŋku me.
”Mi anyigba dzi fiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi katukafuha na Aƒetɔ la! Sela. Eya, amesi le yiyim le blemadziƒowo ƒe dziƒowo; kpɔ ɖa, ana eƒe gbe, si nye gbe sesẽ la, naɖi woase, Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me. Ŋɔdzi le Mawu ŋu le eƒe kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la nena ŋusẽ kple kamesesẽ eƒe dukɔ la! Woakafu Mawu!
”Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ, eye matsɔ akpedada ado bubui.
”Dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kpakple nusiwo katã ʋãna le eme, mikafui!
”Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò; eye amesiwo lɔ̃a wò xɔname le, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Mawu lolo!
”Ŋuwò meziɔ ɖo tso danye ƒe dɔ me ke, eye danye ƒe dɔ me nèɖem tsoe, nye kafukafu enye tɔwò ɖaa. Nuku menye na ame geɖewo, ke wòe nye nye sitsoƒe sesẽ. Nye nu me yɔ fũ kple wò kafukafu, nye ŋkekewo kple wò dodoɖedzi.
”Ke nyea manɔ mɔkpɔkpɔ dzi daa, eye madzi wò kafukafu ɖe dzi.
”Ekema nye hã matsɔ saŋku akafu wò le wò nyateƒe la ta, nye Mawu; maƒo gakasaŋku na wò, wò Israel ƒe kɔkɔetɔ. Nye nuyiwo kple nye luʋɔ, si nèɖe la, atso aseye, ne mele saŋku ƒom na wò.
”Gbegbe nɔlawo adze klo ɖe eŋku me, eye eƒe futɔwo atu mo ke me.
”Fiawo katã aɖe ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe.
”Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui. Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo! Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!
”Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋkuwò blemanukunuwo dzi. Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu. Mawu, wò mɔ le kɔkɔe, Mawu kae lolo abe wò Mawu ene? Wòe nye Mawu, amesi wɔ nukunuwo, èɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.
”Ŋkeke me la etsɔ alilikpo kplɔ woe, eye le zã blibo la me la etsɔ dzo keklẽ.
”woɖoa ŋku edzi be, Mawue nye yewoƒe agakpe, eye Mawu, dziƒoʋitɔ la, enye yewoƒe xɔnametɔ.
”Asaf tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu. Migli kple dzidzɔ ɖe Mawu, si nye míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu! Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!
”ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!
”Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu. Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo! Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi ɖe menye ke; nye dzi kple nye ŋutilã le aseye tsom de Mawu gbagbe la ŋu. Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afisi wòatsɔ viawo aɖoe, eye nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot, nanye kple Mawunye. Woayra amesiwo le aƒewò me la; woakafu wò ɖaa. Sela.
”Aƒetɔ, dukɔ, siwo katã nèwɔ la, ava de ta agu na wò, eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu. Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu. Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsa nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mava wò ŋkɔ! Makafu wò Aƒetɔ Mawu tso dzi blibo me, eye made bubu wò ŋkɔ ŋu ɖaa.
”Hadzilawo kple ɣeɖulawo agblɔ be: „Nye susuwo katã le dziwò.“
”Hiã ti kɔ na nye ŋku; meyɔ wò, Yehowa, gbawotsyogbe ye meke nye abɔ na wò.
”Ezrax-vi Etan ƒe nufiameha. Madzi ha le Mawu ƒe amenuveve ŋu ɖaa, matsɔ nye nu eɖe gbe ƒã eƒe nuteƒewɔwɔ le dzidzimewo kalã me.
”Yehowa, dziƒowo le wò nukunuwo kple wò nuteƒewɔwɔ kafum le ame kɔkɔewo ƒe takpekpe me. Elabena ameka le dziŋgɔli me de Yehowa nu, eye ameka sɔ kple Yehowa le mawuwo ƒe viwo dome? Ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋufɔ le ame kɔkɔewo ƒe adaŋu me, eye vɔvɔ̃ le eŋu na amesiwo katã ƒo xlãe la.
”Dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye wò fiazikpui ƒe anyinɔ; amenuveve kple nyateƒe le tsitre ɖe wò mo.
”Elabena weƒe ŋusẽ ƒe atsyɔ̃ nènye, eye míaƒe dzo kɔ de dzi to wò amenuveve me. Elabena Yehowa tɔe nye míaƒe akpoxɔnu, eye míaƒe fia enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la tɔ.
”Mose, Mawu ƒe ame, ƒe gbedodoɖa. Aƒetɔ, sitsoƒe nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime. Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.
”Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,
”Dzudzɔgbehadzidzi la. Enyo be, woade akpe na Yehowa, eye woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ, wò dziƒoʋitɔ la,
”Yehowa enye fia! Eta ganyenye, Yehowa ye me, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi, eyae li ke xexeame, mana o. Wò fiazikpui li ke tso gbaɖegbe ke, eye nèli tso mavɔ me ke. Tɔsisiwo, Yehowa, tɔsisiwo dze agbo; tɔsisiwo le gbe ɖem. Yehowa kako le dziƒo wu, tɔ gãwo ƒe howɔwɔ kple atsiaƒu ƒe agbodzedze sesẽ. Wò sewo le eme tututu; Yehowa, ŋutikɔkɔe dze wò aƒe la ɣeawiokatãɣ.
”Mitso! Mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míagli kple dzidzɔ ɖe míaƒe xɔname ƒe agakpe la ŋu! Mina míatsɔ akpedada ado ɖe eƒe ŋku me, eye míatsɔ kafukafuhawo atso aseye ɖe eŋu. Elabena Mawu gã enye Yehowa kple fia ga de mawuwo katã dzi.
”Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo de Yehowa, mía wɔla, ŋku me!
”Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa! Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbe ƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe! Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome! Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo kalã ta. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo. Gãnyenye kple ŋutikɔkɔe le eŋku me, ŋusẽ kple atsyɔ̃ le eƒe kɔkɔeƒe la. Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, mitsɔe na Yehowa! Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ, miɖo vɔsanuwo asi va eƒe xɔxɔnuwoe! Mina atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me de ta agu de Yehowa ŋku me; anyigba wo katã, midzo nyanyanya! Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia! Xexeame li ke, maʋã o. Àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ne eteƒe. Dziƒo akpɔ dzidzɔ, anyigba atso aseye, eye atsiaƒu kple eme nuwo aɖe gbe; agble kple nusiwo katã le eme la, akpɔ dzidzɔ, emegbe avemetiwo katã atso aseye le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.
”Yehowa nye fia, anyigba netso aseye, ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ! Alilikpo kple tsizi ƒo xlãe, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye eƒe fiazikpui ƒe anyinɔ.
”Towo lólo abe anyigba ene le Yehowa ŋku me, le anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me. Dziƒowo de gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.
”Elabena wò Yehowa, ènye tatɔ le anyigba blibo la dzi, edo kpo ŋutɔ ɖe mawuwo katã dzi.
”Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ.
”Mi anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, aseyetsotso neɖi le mia nu, eye midzi kafukafuha! Midzi kafukafuha na Yehowa ɖe kasaŋku ŋu, ɖe kasaŋku kple ha ƒe ɖiɖi ŋu, ɖe dze kple kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu! Mitso aseye le Yehowa, fia la ŋku me! Atsiaƒu kple eme nuwo neɖe gbe kpe ɖe xexeame kple eme nɔlawo ŋu! Tɔsisiwo neƒu akpe, towo katã netso aseye
”Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya. Yehowa lolo le Zion, eye wòɖo kpo de dukɔwo katã dzi. Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe. Eli ŋusẽ anyi na fia, si lɔ̃a nu dzɔdzɔe la, eye nedo nusi dzɔ la te; ena ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye dzi le Yakob. Mido Yehowa, mía Mawu la, de dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ! Eyama le kɔkɔe.
”Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!
”Akpedada. Anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu! Misuhɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋku me! Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye. Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ! Elabena Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.
”Dawid ƒe ha. Madzi ha le amenuveve kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, wò Yehowa ye madzi kafukafuha na.
”Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbawo dzi fiawo avɔ̃ wò ŋutikɔkɔe. Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me,
”Gbaɖegbe ke nèdo anyigba gome anyi, eye wò asinudɔwɔwɔ enye dziƒowo. Woawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi; wo katã anyunyɔ abe ava ene, eye àɖɔ li wo woaɖɔ abe awu ene. Ke wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewu nu metsona o.
”Dawid tɔ. Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye nusianu, si le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o!
”Yehowa li eƒe fiazikpui de dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.
”Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe! Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã, mi eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu! Mikafu Yehowa, mi eƒe nuwɔwɔwo katã le eƒe dziɖuƒewo katã me! Luʋɔnye, kafu Yehowa!
”Luʋɔnye, kafu Yehowa! Yehowa, nye Mawu, èlolo ŋutɔ, ètaa gãnyenye kple atsyɔ̃ ɖoɖo. Etsyɔa kekeli abe avɔ ene, eye wòkekea dziƒo abe agbadɔvɔ ene.
”Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Ewɔ wo katã le nunya me: anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo. Atsiaƒu enye si, elolo, eye wòkeke le goawo kple eve me: afima lã suewo kple gãwo siaa, siwo mele xexlẽ me o la, ʋãa wo ɖokui lena;
”Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe li tegbee! Yehowa kpɔa dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu! Eya, amesi doa mo de anyigba dzi, tete wòdzena nyanyanya, ekaa asi towo ŋu, eye wotua adzudzɔ. Madzi ha na Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; maƒo saŋku na nye Mawu, ŋkeke alesi meli. Nye susuwo avivi enu; nye la, Yehowa ŋu ko makpɔ dzidzɔ ɖo. Nuvɔ̃wɔlawo atsrɔ̃ le anyigba dzi, eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o! Luʋɔnye, kafu Yehowa! Mikafu Yehowa!
”Mida akpe na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔ, eye miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome! Midzi ha nɛ, miƒo saŋku nɛ, eye miƒo nu le eƒe nukunuwo katã ŋu! Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu; amesiwo katã dia Yehowa la, ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ! Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ la se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa! Miɖo ŋu eƒe nukunu, siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe nu me fiatsotsowo!
”Mikafu Yehowa! Miɖa akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee! Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã?
”Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, eye naƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, ne míakafu wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee! Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, fa, tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dukɔ blibo la negblɔ be: Nenɔ alea, mikafu Yehowa!
”Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!
”woadoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe takpekpe me, eye woakafui le ame tsitsiwo ƒe adaŋu me!
”Hadzidzi, Dawid ƒe ha. Mawu, nye dzi dze eme, madzi ha, eye mate saŋku; nye kafukafu hã awɔe. Saŋku kple kasaŋku, mifɔ! Menya agudzedze. Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi kafukafuha ne wò le anyigbadzilɔwo dome. Elabena wò amenuveve kɔ gbɔ dziƒo ta, eye wò nyateƒe datɔ alilikpowo. Oo Mawu, kɔ dokuiwò dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!
”Matsɔ nye nu ada akpe na Yehowa vevie, eye makafui le ame geɖewo dome.
”Mikafu Yehowa! Makafu Yehowa tso dzi blibo me le dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe adaŋu me kple amehawo dome. Yehowa ƒe dɔwɔwɔ lolo, amesiwo katã dzrom wole la, dia eyome. Gãnyenye kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.
”Eɖo ɖeɖe ɖe eƒe dukɔ, eye wòɖo eƒe nubabla anyi tegbee; eƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye ŋɔdzi le eŋu. Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; amesiwo katã léa eme la, gɔmesese nyui sua wo si; eƒe kafukafu li tegbee.
”Mikafu Yehowa! Mi Yehowa ƒe dɔlãwo, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mikafui! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia vaseɖe mava me! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe!
”Yehowa ɖo kpo ɖe dukɔwo katã dzi, eƒe ŋutikɔkɔe ɖo kpo ɖe dziƒo dzi. Amekae ɖe Yehowa, mía Mawu la, amesi bɔbɔ nɔ dzi me, amesi le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa le dziƒo kple anyigba dzi la nu?
”Menye míawo o, Yehowa, menye míawo ŋu nade bubui o, ke boŋ wò ŋkɔ la ŋue le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta!
”boŋ míawoe akafu Yehowa tso fifia vaseɖe mavɔ me. Mikafu Yehowa!
”Wòe mase ekpedavɔ na, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ. Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me, le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo, le mewò, Yerusalem. Mikafu Yehowa!
”Mi dukɔwo katã, mikafu Yehowa, midoe ɖe dzi, mi anyigbadzitɔwo katã; elabena amenuveve sɔ gbɔ ɖe mía dzi, eye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. Mikafu Yehowa!
”Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, negblɔ be: Eƒe amenuveve li tegbee!
”Yehowa ƒe nuɖusi ɖea dzi, Yehowa ƒe nuɖusi wɔa kalẽ!
”Meda akpe na wò, be nèɖo tom, eye nènye xɔnametɔ nam. Kpe, si xɔtulawo gbe la, eyae trɔ zu dzogoedzikpe. Yehowa gbɔ esia tso, enye nukunu le míaƒe ŋkuwo me. Esia nye ŋkeke, si Yehowa wɔ, mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ ɖe eŋu!
”Nye Mawu nenye, mada akpe na wò; nye Mawu, mado wò ɖe dzi. Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!
”Matsɔ dzi, si toa mɔ ɖeka la, ada akpe na wò, ne mesrɔ̃ wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo,
”Mefɔ le zãtiƒe, be mada akpe na wò le wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta?
”Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta.
”Nye nuyiwo adudu kafukafu aƒo ɖi, elabena èfia wò ɖoɖowom.
”Mina míayi enɔƒe, eye míaɖe ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.
”Miwu miaƒe asiwo dzi ɖo ɖe kɔkɔeƒe la gbɔ, eye mikafu Yehowa!
”Mikafu Yehowa! Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, mi Yehowa ƒe dɔlawo, mikafui; mi amesiwo tsia tre ɖe Yehowa ƒe me, le mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo! Mikafu Yehowa, elabena Yehowa ƒe dɔme nyo; midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, elabena vivi le eŋu.
”Woakafu Yehowa tso Zion, eye amesi le Yerusalem! Mikafu Yehowa!
”Mida akpe na mawuwoƒe Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee. Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la, elabena eƒe amenuveve li tegbee.
”Mida akpe na dziƒo Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee!
”Dawid tɔ. Makafu wò tso dzi blibo me, eye madzi kafukafuha na wò le mawuwo ŋku me. Made ta agu ɖe wò gbeɖoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ, eye makafu wò ŋkɔ le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta, elabena èna wò ŋugbedodo kɔ gbɔ wò ŋkɔwo katã ta. Gbesigbe meyɔ wò la, ètɔ nam, ède dzi ƒo nam, eye nèɖo ŋusẽ nye luʋɔ. Yehowa, anyigba dzi fiawo katã akafu wò, nenye be, wose wò numenya; eye woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu be, Yehowa ƒe bubu nye gã.
”Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.
”Meke nye alɔwo me na wò; nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò kplakplakpla abe anyigba ene. Sela.
”Mawu, madzi ha yeye na wò, eye maƒo ha na wò le kasaŋku ka ewo tɔ dzi;
”Dawid ƒe kafukafuha. Nye Mawu, medo wò de dzi, wò fia, eye makafu wo ŋkɔ daa tegbee. Makafu wò gbesiagbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi ɖaa tegbee. Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, eƒe gãnyenye me dzodzro meli o. Woakafu wò dɔwawɔwo tso dzidzime yi dzidzime, eye woaɖe gbe ƒã wò nutsuwɔwɔwo. Made ŋugble le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyoawo kple wò nukunuwɔwɔwo ŋu. Wò nuwɔwɔ dziŋɔwo ƒe ŋusẽ ŋu woaƒo nu le; maxlẽ nya afia le wò nutsuwɔwɔwo ŋu. Woaɖe wò nyuiwɔwɔ gãwo ƒe ŋkuɖoɖodzi afia, eye woatso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti.
”Yehowa, wò dɔwɔwɔwo katã ada akpe na wò, eye wò mawumemewo akafu wò. Woagblɔ nya le wò fiaɖuƒe ƒe bubu ŋu, eye woaƒo nu le wò ŋusẽ ŋu, ne woaɖe eƒe nutsuwɔwɔwo kple eƒe fiaɖuƒe ƒe atsyɔ̃ nyo la afia amegbetɔviwo. Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ dzidzimewo katã me.
”Nye nu negblɔ Yehowa ƒe kafukafu, eye ŋutilãwo katã nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖaa tegbee.
”Mikafu Yehowa! Nye luʋɔ, kafu Yehowa! Makafu Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; madzi kafukafuha na nye Mawu, ŋkeke alesi meli.
”Yehowa enye fia tegbee, Zion, wò Mawu le dzidzimewo katã me! Mikafu Yehowa!
”Mikafu Yehowa, elabena kafukafuhadzidzi na mía Mawu la enye, eye wòvivina; kafukafu edzee.
”Eya, amesi ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ. Mía Aƒetɔ la lolo, eƒe ŋusẽ tri akɔ, eye goléƒe mele eƒe nunya ŋu o. Yehowa léa hiãtɔwo ɖe asi, ke ebɔbɔa ame vɔ̃ɖiwo vaseɖe anyigba ke. Mixe akpedaha hena Yehowa, mitsɔ kasaŋkuwo ƒo ha na mía Mawu la;
”Mikafu Yehowa! Mikafu Yehowa tso dziƒo; midoe ɖe dzi le kɔkɔƒewo! Mikafui, mi eƒe dɔlawo katã, mi eƒe aʋakɔwo katã, mikafui! Ɣe kple ɣleti, mikafui; mikafui, mi dzinuvi keklẽwo katã! Mikafui, mí dziƒo ƒe dziƒowo kple mi dziƒotametsiwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena ede se, eye wodzɔ, etsɔ wo ɖo anyi ɖaa tegbee; ena ɖoɖowo, eye emagatrɔ wo o.
”Mikafu Yehowa tso anyigba dzi, mi bosowo kple tɔ goglowo katã, mi dzo kple dzikpe, sno kple adzudzɔ kpakple ahom, si wɔa eƒe gbe dzi; mi towo kple togbɛwo katã afi tsekuwo kple sedertiwo katã; mi gbemelãwo kple aƒemelãwo kalã kpakple xevi dzogoewo; mi anyigba dzi fiawo kple dukɔwo katã, amegãwo kple anyigba dzi ʋɔnuɖrɔ̃lawo katã, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.
”Mikafu Yehowa! Midzi ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me! Israel nekpɔ dzidzɔ ɖe ewɔla ŋu; Zion-viwo netso aseye ɖe woƒe ena ŋu! Woatsɔ ɣeɖuɖu akafu eƒe ŋkɔ, eye woafsɔ asiʋui kple kasaŋku aƒo ha nɛ! Elabena Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyo eŋu, etsɔa xɔname ɖoa atsyɔ̃ na hiãtɔwo. Mawumemewo nekpɔ dzidzɔ le bubu me, eye woagli le wo ɖɔƒewo. Mawu ƒe dodoɖedzi le woƒe nu me, eye yi nuvee le wo si,
”Mikafu Yehowa! Mikafu Mawu le eƒe kɔkɔeƒe la me; mikafui le eƒe alili sesẽ la me! Mikafui le eƒe nutsuwɔwɔwo fa; mikafui ɖe eƒe gãnyenye gbogbo la nu! Mitsɔ kpẽɖiɖi kafui; mikafui kple saŋku kple kasaŋku! Mitsɔ asiʋui kple ɣeɖuɖu kafui, mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kpakple dze! Mitsɔ gakogoe, siwo ƒe gbeme kɔ la, kafui: mikafui kple gakogoe, siwo ɖina sesĩe! Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!
”Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.
”Ameka lia yi dziƒo gaɖi va anyi? Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via? Enyaea?
”Etsɔ wo nu gbugbɔ nu nam, elabena wo lɔlɔ̃ nyo wu wein. Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo. Kplɔm yii, na míaɖe abla! Fia la kplɔm yi eƒe xɔ me. Míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wein; amewo lɔ̃a wò ɖe eteƒe.
”Amekae nye ekem tso gbe me gbɔna abe dzudzɔ babla ene, eye atike ʋeʋẽe, dzudzɔ ʋeʋée donu kple nudzralawo ƒe atike vovovowo le ya ɖem le eŋu?
”Anyieheya, tso, eye dzieheya, va, naƒo ato nye abɔ me, ne eƒe ʋeʋẽ nagbagba di. Nye lɔlɔ̃tɔ va eƒe abɔ me, eye wòɖu eƒe kutsetse nyuiawo.
”Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu!
”Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.
”ne wòayi agadowo kple kpetowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.
”Eye Yehowa aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion-to ƒe nɔƒewo katã kple eƒe takpeƒewo le ŋkeke me kpakple dzo keklẽ le zã me; elabena wòa tsyɔ nu atsyɔɖoɖowo katã dzi,
”Yehowa Zebaot anye gã le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu kɔkɔe la akɔ eɖokui ŋu le dzɔdzɔenyenye me.
”Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ. Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee. Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi! Ɣlidola la ƒe gbe na kpuiawo ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ xɔ la taŋ. Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.
”Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.
”Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.
”ahagblɔ le ɣemaɣi be: Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi. Midzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nu klitsuwo; woanya esia le anyigba blibo la dzi. Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.
”Le ɣemaɣi la amegbetɔ atrɔ kɔ ɖe ewɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwò akpɔ Israel ƒe kɔkɔetɔ la dzi ɖa;
”Ame kemeawo kɔ woƒe gbe dzi le aseye tsom le ƒu gome le Yehowa ƒe gãnyenye ta be: Eyata mikafu Yehowa le ɣedzeƒe kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ le ƒukpowo dzi!
”Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo, wò gbaɖegbe tameɖoɖowo nye nyateƒe, eye wometrɔna o! Elabena èna du la zu anyiglãgo, eye mɔ̃ sesẽ la zu glikpo, du bubu me towo ƒe fiasã maganye du o, eye womagatui akpɔ gbeɖegbeɖe o. Eyata dukɔ nyanyrãwo ade bubu ŋuwò, eye dukɔ sesẽwo ƒe duwo avɔ wò.
”Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowa, ẽ, Yehowa enye agakpe tegbee.
”Le ɣemaɣi la Yehowa Zebaot anye atsyɔ̃kuku kple ŋgoblanu dzeani na eƒe dukɔ susɔea;
”Miadzi ha abe le ŋkekenyuieɖuɣi ƒe zã me ene, eye miaƒe dzi akpa dzidzɔ abe amesiwo le dze kum le mɔ zɔm heyina ɖe Yehowa ƒe to la, ɖe Israel ƒe agakpe la gbɔ ene. Eye Yehowa ana woase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye woakpɔ eƒe alɔ ƒe ɖiɖiɖeanyi le ɖɔmedzoe ƒe bublu, dzo binu ƒe aɖe, ahom, tsidzadza gãwo kple dzikpewo me.
”Wò ŋkuwò akpa fia la le eƒe atsyɔ̃ me, akpɔ anyigba keke la,
”Elabena Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.
”Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.
”Yehowa le xoxo ge nam, eyata mina miaƒe saŋkuwo naɖi le Yehowa ƒe me le míaƒe agbe me ŋkekewo katã me.
”ne Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia, eye ŋutilãwo katã nakpɔe; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.
”Ameka tsɔ asiʋlo dzidze tsii, eye wodzidze asi ɖe dziƒo ŋu? Ameka tsɔ nudonui do anyigba dzi kee, etso nudanu da to, eye wòda togbɛwo le nudagbɛ me?
”Miele nu nyam na? Miele nu sem oa? Ɖe wometoe na mi tso gɔmedzedzea ke oa? Ɖe mielé ŋku ɖe anyigba ƒe agunu ŋu oa? Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme; eya, amesi na amegãwo zu nu maɖinui, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo zu tofloko.
”Mifɔ mo dzi, ne míakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo ɖoa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔa ɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la I nu.
”Menyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.
”Agbo wo, ya alo wo ɖe nu, eye ahom aka wo ahlẽ; ke wò la atso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye aƒo adegbe ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.
”Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o. Kpɔ ɖa, gbaɖegbe nyawo va me, magblɔ yeyewo, eye mana miasee, hafi woava dzɔ. Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu! Gbegbewo kple woƒe duwo kpakple kɔƒe, siwo me Kedar le la, negli! Agakpe dzi nɔlawo nètso aseye, wòado ɣli tso towo ƒe tsutsuẽƒe ke! Woade bubu Yehowa ŋu, eye woaɖe gbe ƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi!
”amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ do, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewo wo.
”Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasetɔwo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawua ɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o. Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔa ɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
”Nye Yehowa enye miaƒe kɔkɔetɔ, nye Israel ƒe wɔla enye miaƒe fia.
”Dukɔ, si mewɔ na ɖokuinye la, axlẽ nya afia le nye kafukafu ŋu.
”Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
”Mi dziƒowo, mitso aseye, elabena Yehowa wɔe wòde go! Mi anyigba ƒe agunuwo, mido aƒa! Mi towo, avewo kple wo me nuwo katã, mitso aseye hoo, elabena Yehowa ɖe Yakob, eye wòdo kɔkɔe eɖokui ɖe Israel ŋu.
”Nyee nye Yehowa, ɖeke megali o; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o; mebia ali dzi na wò, esi mekpɔ dze sim haɖe o, ne wòadze sii tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe be, amea ɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Nyee nye Yehowa, ɖeke megali o, nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!
”Elabena ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be woatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
”Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o. Meta ɖokuinye, nya vava do tso nye nu me, eye matrɔ o be: Klowo katã ata anyi nam, eye aɖewo katã aka atam nam
”Mido ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, amea ɖeke mesɔ kplim o; nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tame-ɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi;
”Míaƒe xɔnametɔ la ŋkɔ enye Yehowa Zebaot, Israel ƒe kɔkɔetɔ!
”Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom! Nyee, nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã. Nye asie ɖo anyigba gome anyi, eye nye nuɖusie he dziƒo me; esi meyɔ wo la, wo katã wova tsi tre ɖi.
”Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.
”Mi dziƒowo, mitso aseye, anyigba, kpo dzidzɔ, eye mi towo, mido aƒa; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe hiãtɔwo.
”Lé to ɖe wò dzɔlawo ŋu! Wo katã ƒe gbe de dzi, eye wotso aseye; elabena woƒe ŋkuwò kpɔ eteƒe, esime Yehowa trɔ gbɔ va Zion. Mi Yerusalem ƒe aƒedowo, mido aƒa, mitso aseye yoo; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem!
”Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.
”Elabena miaʋu adzo kple dzidzɔ, eye woaɖo mi ɖa le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, eye gbemetiwo katã aƒu akpe.
”Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.
”Ɣe maganye kekeli na wò le ŋkeke me azɔ o, eye dzinu magaɖi na wò, be xexeme nakɔ o; ke boŋ Yehowa anye wò kekeli tegbee, eye wò Mawu anye wò atsyɔ̃ɖoɖo. Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò dzinu magaɖo xɔ o, elabena Yehowa lanye wò kekeli tegbee, eye wò nuxaɣi nu va yi. Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ, eye anyigba anye wo tɔ tegbee, nye atibɔmeti fẽ kple nye asinudɔwɔwɔ, si ade bubu ŋunye la, wonye.
”ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.
”Amesi na eƒe atsyɔ̃dabɔ to Mose ƒe nuɖusi dzi, eye wòmã tsi la me ɖe eve le wo ŋgɔ, be wòaɖe ŋkɔ mava eɖokui ŋu?
”Wòe nye mía fofo, elabena Abraham menya mí o, eye Israel medze si mí o. Wò Yehowa enye mía fofo, eye ŋkɔwòe nye „mía ɖela“ tso gbaɖegbe ke.
”Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.
”Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?
”Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee. Eye woava me, ne dzinu yeye sia dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo la, ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le ŋkunye me, Yehowa ye gblɔe!
”Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.
”Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.
”Midzi ha na Yehowa, mikafu Yehowa, elabena eɖe hiãtɔ ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo si me!
”Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?
”Yehowa be: Ɖe nye nya mele abe dzo ene, eye abe zũ, si agba agakpe gudugudu la ene oa?
”Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko.
”Oo, Aƒetɔ Yehowa, ètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ, si le dzi la, wo dziƒo kple anyigba, naneke mekpe na wò akpa o, wò amesi ve ame akpe nanewo nu, eye neɖo fofowo ƒe yodadawo teƒe ɖe akɔ me na wo viwo le wo megbe, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot;
”Kpɔ ɖa, nyee nye Yehowa, ŋutilãwo katã ƒe Mawu; ɖe mado kpo nanea?
”afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.
”Fɔ nado ɣli le zã le ŋudzɔɣi ƒe gɔmedzedze! Trɔ wò dzi ƒo ɖe Aƒetɔ la ŋku me abe esi ene! Wu wò asiwo dzi nɛ le viwò, siwo dɔwuame na no te wo ŋu ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi la ƒe agbe ta!
”Mina míakɔ míaƒe dzi kple míaƒe asiwo dzi ɖo ɖe Mawu le dziƒo.
”Ke wò Yehowa, èlí tegbee, eye wò fiazikpui nɔa dzidzimewo katã me.
”Eye esi wole yiyim la, mese woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ, abe ŋusẽkatãtɔ ƒe gbeɖeɖe kple aʋakɔwo ƒe ɣlidodo ene, eye ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi. Eye gbea ɖe ɖi le dziŋgɔli, si le wo ta me la dzi; ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi. Nane ɖi fiazikpui le dziŋgɔli, si le wo ta me la dzi le abe gbloti ene, eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔ lã, bɔbɔ nɔ nusi ɖi fiazikpuia la dzi. Meɖe ŋku ɖe eƒe ali ŋu ɖo ta dziƒo gome, wòle abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene, eye nane le dzedzem le eme godoo abe dzo ene; eye meɖe ŋku ɖe eƒe ali ŋu ɖo ta anyi me gome, wòle abe dzo ene, eye keklẽ ɖe to ɖee. Keklẽ, si ɖe to ɖee la, le abe alesi anyieʋɔ ɖina ɖe alilikpo ŋu le tsidzadza megbe ene. Esia nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔme. Eye esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi, eye amea ɖe le nu ƒom mese.
”Tete gbɔgbɔ la kɔnu eye mese hoowɔwɔ abe anyigbaʋuʋu gãa ɖe ene le megbenye, esime Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho le eteƒe,
”Tete metso heyi bali la me, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le tsitre ɖe afima abe ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene, eye metsyɔ mo anyi.
”Eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le afima abe nɔnɔme, si mekpɔ le bali la me ene.
”Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho dzo le Kerubiawo dzi yi xɔ la ƒe kpui nu, eye alilikpo yɔ xɔ la taŋ, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la fũ. Eye wose Kerubiawo ƒe aʋala ƒe ɖiɖi le xɔxɔnu kɔtoetɔ ke abe Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne ele nu ƒom ene.
”Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le xɔ la ƒe kpui nu yi ɖanɔ Kerubiawo ta me. Tete Kerubiawo ƒo aʋala hekɔ wo ɖokui dzi tso anyigba le ŋkunye me; esi woho la, tasiaɖamfɔawo hã kpe ɖe wo ŋu, eye wova tɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo nu le ɣedzeƒe gome, eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la le wo ta me.
”Tete Kerubiawo ƒo aʋala, eye tasiaɖamfɔawo kpe ɖe wo ŋu, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le wo ta me. Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kɔ eɖokui dzi tso dua me heva no to, si le dua ƒe ɣedzeƒe la dzi.
”Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.
”Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm. Eye nusi mekpɔ la, le abe esi mekpɔ, esime meva dua gblẽ ge la ene, eye nɔnɔmeawo le abe esiwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene. Tete metsyɔ mo anyi. Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe to agbo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la nu ge ɖe xɔ la me. Tete gbɔgbɔ la kɔm ɖaɖa ɖe xɔxɔnu metɔ, eye kpɔ da, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la taŋ. Tete mese amea ɖe le nu ƒom kplim tso xɔa me; ke ŋutsu la tsi tre ɖe axanye. Eye wògblɔ nam bena: Amevi, esia enye nye fiazikpui nɔƒe kple nye afɔƒome ɖoƒe, afisi manɔ le Israel-viwo dome tegbee, eye Israel ƒe aƒe la, woawo kple woƒe fiawo magatsɔ woƒe gbolowɔwɔ le woƒe nuxeƒewo kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o;
”Emegbe wòkplɔm to anyiehegbo la nu yi gbedoxɔ la nu, eye mekpɔ be, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ya Yehowa ƒe xɔ la taŋ; tete metsyɔ mo anyi.
”Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã. Eye Daniel kafu dziƒo Mawu la. Eye Daniel xɔ edzi gblɔ bena; Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, elabena etɔe nye nunya kple ŋusẽ. Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo; eɖea nusi me goglo, kple nu ɣaɣla fiana, enya nusi le viviti me, elabena kekeli le egbɔ. Fofonyewo ƒe Mawu, meɖa akpe na wo, eye mekafu wo, be nẽna nunya kple ŋusẽm, eye néɖe nusi míebia wò la fiam; elabena fia ƒe nyae nèɖe fia mí!
”Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.
”Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.
”Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.
”Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi eye amegã ɖeɖia ɖe bɔbɔ nɔ edzi, eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi. Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.
”Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.
”Fiaɖuƒe la asu dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo si, eye fiaɖuƒe la anɔ wo si me ɖaa tegbetegbe.
”Woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ: eƒe fiaɖuƒe anye fiaɖuƒe mavɔ, eye dziɖulawo katã àsubɔe ahaɖo toe.
”Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.
”Towo ʋuʋu le eŋgɔ, togbɛwo lólo gbanaa, eye anyigba kple xexeame kpakple emenɔlawo katã dzo kpekpekpe le eŋku me.
”Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.
”Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ. Keklẽ ɖo abe ɣe tɔ ene, keklẽ le eƒe axa dzi, eya mee eƒe ŋusẽ be ɖo.
”Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, eye tɔwo gbagba ɖe anyi bababa; agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alo ɖe dzi.
”maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matso ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe.
”Nye ŋutɔ manye dzogli anɔ eŋu godoo, eye manye atsyɔ̃ ana eme; Yehowa ye gblɔe.
”Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!
”Eyama atu Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la, eye atsyɔ̃ anɔ eŋu, abɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia, anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, eye ŋutlfafa anɔ woa kple eve la dome.
”Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.
”Eƒe afɔ anɔ amito, si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi, eye amito la afe de titina kpla aɖo ta ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe; lo la ƒe afã ado ta anyiehe, eye afã aɖo ta dziehe; bali la me akeke ŋutɔ.
”Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.
”Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si; Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.
”„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“
”Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi.
”Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.
”Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi: eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!
”Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.
”Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!
”Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.
”Eye ameawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ bena: Ameka ƒomevi enye sia be, yawo kple ƒu hã ɖoa toe?
”Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi wu mawuxɔa la, le afii.
”Ke amesiwo le ʋua me la, dze klo nɛ gblɔ bena: Mawuvi nenye vavã.
”Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.
”Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.
”Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?
”Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama! Eye esi nusrɔ̃lawo see la, wotsyɔ mo anyi, eye wovɔ̃ ŋutɔ.
”Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.
”Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.
”„Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena: Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò; eƒe dɔm…, eye wòdo tedzi kple dɔwɔlã, si nye tedzivi.
”Eye ameha, siwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Wosana na Dawid vi la; Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la me; Hosana le dziƒo ʋĩ!
”Eye esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpɔ nukudɔ, siwo wòwɔ, kple ɖevi, siwo le ɣli dom le mawuƒe la me bena: Hosana na Dawid vi la! la, eve dome na wo. Eye wogblɔ nɛ bena: Ese nusi ame siawo le gbɔgblɔm mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: „Ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo o mahã?
”Eye wògblɔ nɛ bena: „Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.“ Esia enye se gbãtɔ, si le vevie.
”Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe. Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.
”Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene;
”Eye le akpedahadzidzi vɔ megbe la wodo go yi ɖe Amito la ŋu.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.
”Eye Yesu le tsitre ɖe mɔ̃mefia la ƒe ŋku me, eye mɔ̃mefia la biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.
”Eye woŋlɔ eƒe nutsonya ɖo tagbɔ nɛ bena; Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la, enye esi!
”Eye kpɔ ɖa, Yesu va kpe wo gblɔ bena: Miɖo aƒe! Eye wote ɖe eŋu lé eƒe afɔwo hedze klo nɛ.
”Eye esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke amea ɖewo ke ɖi. Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.
”Eye wovɔ̃ geɖe ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?
”Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.
”Eye alilikpo va do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe tso alilikpo la me gblɔ bena: „Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, miɖo to eyama!“
”Eye Yesu kpɔ wo du gblɔ bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; gake Mawu gbɔ la woate ŋui; elabena woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.
”Eye amesiwo le eŋgɔ kple esiwo le eyome la, do ɣli gblɔ bena: Hosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me. Woayra mía fofo Dawid ƒe fiaɖuƒe, si gbɔna la! Hosana le dziƒo ʋĩ!
”Yesu ɖo eŋu bena: Gbãtɔ enye: Israel, ɖo to, Aƒetɔ, miaƒe Mawu la, Aƒetɔ ɖeka wònye. Eye nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo, esia nye se gbãtɔ.
”Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe.
”Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
”Eye esi wodzi akpedaha vɔ la, woɖo go yi ɖe Amito la ŋu.
”Eye Yesu gblɔ bena: Nyee! Eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo.
”Eye Pilato biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo eŋu nɛ gblɔ bena: Wòe gblɔe.
”Eye woŋlɔ eƒe nutsotso heɖo eƒe tagba bena: Yudatɔwo ƒe fia la.
”Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.
”Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o. Eye Maria gblɔ na dɔla la bena: Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã? Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.
”Elabena naneke mese na Mawu o.
”Eye Maria gblɔ bena: Nye luʋɔ do Aƒetɔ la ɖe dzi, eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu, nye xɔla ŋuti,
”bena ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam, eye kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.
”le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me, miaƒe ŋkekewo katã le eƒe ŋku me.
”Eye kasia dziƒoʋakɔha gãa ɖe kpe ɖe mawudɔla la ŋuti, wole Mawu kafum le gbɔgblɔm bena: Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.
”Eye alẽnyilawo gbugbɔ, eye wole ŋutikɔkɔe kple kafukafu tsɔm na Mawu le nusiwo katã wose, eye wokpɔ la ŋuti, abe alesi wogblɔ na wo la ene.
”Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, naɖe la agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“
”Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.
”Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe.
”Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.
”Eye kuvia ɖo wo katã le Mawu ƒe gãnyenye ŋuti. Ke esi wo katã ƒe mo wɔ yaa le nusiwo katã wòwɔ ŋuti la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena:
”Le gaƒoƒo ma ke dzi la etso aseye le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩewo; ẽ, Fofo, elabena nenemae nyoa ŋuwò.
”Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.
”Eye wògblɔ bena: Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ bena: Mía Fofo, si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!
”Ke wo dometɔ ɖeka, esi wòkpɔ bena, woda gbe le ye ŋu la, egbugbɔ le Mawu kafum kple gbe sesẽ, eye wòdze klo tsyɔ mo anyi de eƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ; eye eya la Samariatɔ wònye.
”Eye wògblɔ bena: Nusiwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔe le Mawu gbɔ.
”Eye enumake wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le Mawu kafum, eye dukɔ la katã, esi wokpɔe la, wotsɔ kafukafu na Mawu.
”Ke esi wògogo va do afisi woɖia Amito la ƒe abu lena la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la katã de asi dzidzɔkpɔkpɔ kple mawukafukafu me kple gbe sesẽ le ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo katã wokpɔ la ŋuti gblo bena: Woayra fia, si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me; ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo boo! Eye farisitɔwo dometɔa dewo tso ameha la dome gblo ne bena: Nufiala, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo. Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Mele egblɔm na mi bena: Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.
”Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le alilikpo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.
”Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
”Tso esia dzi la Amegbetɔvi la anɔ anyi ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ƒe nuɖusi me. Eye wo katã gblɔ bena: Ekema Mawuvi nènye mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe le egblɔm bena: Nyee.
”Eye Pilato biae gblɔ bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Wòe le egblɔm.
”Eye nuŋɔŋlɔ hã le eƒe tagbɔ, esi woŋlɔ ɖe Helatɔwo, Romatɔwo kple Hebritɔwo ƒe gbe me bena: Esia nye Yudatɔwo ƒe fia la!
”Eye wògblɔ bena: Yesu, ɖo ŋku dzinye, ne eva ɖo wò fiaɖuƒe la me.
”Eye esi wodze klo de ta agu nɛ la, wogbugbɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ gã; eye wonɔa mawuxɔ la me ɖaa henɔa Mawu kafum.
”Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o.
”Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.
”Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.
”Eyama latsi de edzi tsã; ke nye la mayi to. Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta; amesi tso anyigba la, anyigba wòtso, eye anyigbanuwo ŋu wò ƒoa nu lena; amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, xɔm se bena, gaƒoƒo gbɔna, esi menye to sia dzi alo Yerusalem miado gbe ɖa na Fofo la le o. Miawo la miedoa gbe ɖa na nusi mienya o; miawo la miedoa gbe da na nusi mienya; elabena xoxo la tso Yudatɔwo gbɔ. Gake gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbeɖoɖala siawo tɔgbe. Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.
”bena amewo katã nabu Vi la, abe alesi wòbua Fofo la ene. Amesi mele Vi la bum o la, mebua Fofo la, amesi dɔe ɖa la o.
”Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.
”Yesu gblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.
”Ke egblɔ bena: Aƒetɔ, mexɔe se; eye wòdze klo ɖe ta agu nɛ
”Mia kple Fofonye la ɖekae míele.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Ɖe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, èkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?
”Esi ŋu ke la, ameha geɖe, siwo va ŋkekenyuieɖuƒe la, esi wose bena, Yesu gbɔna Yerusalem la, wotsɔ deʋayawo, eye wodo go yi ekpe ge, eye wodo ɣli bena: Wosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la. Ke Yesu kpɔ tedzivia ɖe, eye wòde edzi, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Megavɔ̃ o, Zion vinyɔnuvi, kpɔ ɖa, wò fia la nɔ tedzivia ɖe dzi gbɔna!“
”Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti.
”Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti. Tete gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.
”Azɔ esi wòdo go la, Yesu gblɔ bena: Fifi ko wokɔ Amegbetɔvi la ŋuti, eye wokɔ Mawu ŋuti le eyama me; ne wokɔ Mawu ŋuti le eya me la, ekema Mawu hã akɔ eyama ŋuti le eya ŋutɔ ɖokui me, eye enumake wòakɔ eŋuti.
”Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me.
”Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo.
”Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò. Sigbe alesi nena ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena nusianu, si nènae la, wòana agbe mavɔ wo. Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la. Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si netsɔ nam, be mawɔ la nu. Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.
”Woɖo ŋu nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae! Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye esi! Ke Yuda hã, amesi fia eyome mɔ la, le tsitre ɖe wo gbɔ. Azɔ, esi wògblɔ na wo bena: Nyee nye esi la, wozɔ gbugbɔɖemegbee, eye wodze anyi.
”Azɔ Pilato gayi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye wòyɔ Yesu, eye wògblɔ ne bena: Alo wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã?
”Yesu ɖo ŋu bena: Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o, nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womãgadem asi na Yudatɔwo o, ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o. Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.
”Ke kɔnuwɔwɔ le mia si bena, maɖe asi le ame ɖeka ŋuti na mi le ŋutitoto la dzi; mielɔ̃ azɔ bena, maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋuti na mi mahã?
”Ke Pilato ŋlɔ eƒe nutsonya heɖo atitsoga la ƒe tagbɔ. Eye wòŋlɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe fia la. Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, elabena teƒe, si woklã Yesu ɖo la, te ɖe du la ŋu, eye woŋlɔe ɖe Hebri- kple Hela-kple Roma-gbe me. Tete Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato bena: Megaŋlɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia la o; ke boŋ bena eyama gblɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia menye. Pilato ɖo ŋu bena: Nusi meŋlɔ la, mèŋlɔe xoxo.
”Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!
”Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi Sem miele la kɔ ɖe anyi.
”Eyata Israel-ƒeme katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.
”Eye woti kpo hele tsitre nu, eye wozɔ azɔli; eye wòyi ɖe mawuxɔa me kpli wo le tsatsam hele du ƒum, eye wòle Mawu kafum.
”Amesia Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me abe kplɔla kple xɔla ene, bena wòana dzimetɔtrɔ kple nuvɔ̃wo ƒe keke Israel.
”Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: „Ɖe atokotawo le wò afɔ; elabena afisi nèle tsi tre ɖo la, anyigba kokoe ye.
”Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.
”Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.
”Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo. Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu.
”Mawu, si wo xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o;
”si woɖo Mawuvi kple ŋusẽ le kɔkɔenyenye ƒe Gbɔgbɔ la nu to tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, amesi nye Yesu Kristo, mia Aƒetɔ,
”Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o.
”amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
”Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale! Elabena ameka nya Aƒetɔ la ƒe tamesusu, alo ameka zu eƒe adaŋudela kpɔ mahã?
”Elabena nuwo katã tsoa eya me, eye wotoa eya me, eye woɖoa ta eya gbɔ; eyama tɔ lanye bubu yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
”Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.
”Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“
”bene miatsɔ tame ɖeka kple nu ɖeka akafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la. Eyaŋuti mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu. Elabena mele egblɔm bena, Yesu Kristo zu subɔla na aʋatsotso le Mawu ƒe nyateƒe ŋuti, bene wòali ke ŋugbedodo, siwo wodo na fofoawo la; eye bena trɔ̃subɔlawo kafu Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Esiaŋuti makafu wò le trɔ̃subɔlawo dome, eye wò ŋkɔ la madzi kafukafuha na.“ Eye wògagblɔ be: „Dzi nedzɔ mi trɔ̃subɔlawo hekpe ɖe eƒe dukɔ ŋuti.“ Eye wògagblɔ bena: „Mikafu Aƒetɔ la, mi trɔ̃subɔlawo katã! Mido vivi ɖe eŋuti, mi dukɔwo katã!“
”Ke amesi ate ŋu ado ŋusẽ mi le nye nyanyuie kple Yesu Kristo ƒe gbeƒãɖeɖe la nu ɖe nya ɣaɣla, si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke la, ƒe ɖeɖefia la nu, esi woɖe ɖe go fia azɔ, eye to nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawome le Mawu mavɔtɔ ƒe sedede la nu, wòna trɔ̃subɔlawo katã nyae hena xɔse ƒe toɖoɖo: Mawu, si nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye bubu la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
”Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu!
”gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi.
”Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu,
”eye eƒe dzimenya ɣaɣlawo adze ƒã, eye ale wòatsɔ mɔ atsyɔ anyi, eye wòado gbe ɖa na Mawu, eye wòaɖe gbe ƒã bena, Mawu le mia dome vavã.
”elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.
”amesi tsa eɖokui hena le mia nuvɔ̃ ŋuti, bene yeaɖe mí atso xexeme vɔ̃ɖi, si li fifia me le Mawu, mía Fofo, ƒe lɔlɔ̃nu la nu, amesi to anye kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,
”bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,
”bene mianɔ anyi na eƒe ŋutikɔkɔe le kafukafu, mí amesiwo kpɔ mɔ na Kristo gbã la, amesi me miawo hã miele, esime miese nyateƒe la ƒe nya, si nye miaƒe xɔxɔ ƒe nyanyuie la, amesi me hã, esime miexɔ se la, wotre mia nu kple ŋugbedodo ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la le, amesi nye miaƒe domenyinyi ƒe awɔbanu hena ye ŋutɔ tɔwo ƒe ɖeɖe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.
”bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me, eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me, kple nusi nye eƒe ŋusẽ ƒe gãnyenye, si ƒo wo katã ta la, na mí amesiwo xɔna sena le eƒe ŋusẽ gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔwɔ la nu, esi wòwɔ le Kristo me, esime wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe nuɖusi me le dziƒonutowo me ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi, menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã, eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame, si nye eƒe ŋutilã; eya amesi yɔ nuwo katã fũ le wo katã me la ƒe agbɔsɔsɔ la.
”Eyata medzea nye klo na mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ, bene wòaɖi na mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔ la nu, bena wòado ŋusẽ mi to eƒe Gbɔgbɔ me le ememe la gome, bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me, eye wòali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi le lɔlɔ̃ me, bene mi kpakple ame kɔkɔewo katã míate ŋu adze si nusi nye kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme, eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sa la, bene woayɔ mi taŋ, ne miade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu. Ke amesi tea ŋu wɔna wua nusianu geɖe wua nusiwo katã míebiana alo míedzea si le ŋusẽ, si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le mía me nu la, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe la le ha me le Kristo Yesu me yiɖase dzidzimewo katã dzi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Mawu ɖeka, si nye wo katã Fofo, amesi le wo katã dzi, eye wòto wo katã me, eye wòle wo katã me.
”Amesi va anyi la, eya ke ganye amesi yi dziƒowo katã ƒe dziƒo hã, bene wòayɔ nuwo katã taŋ.
”eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me, eye mida akpe na Mawu, Fofo la, ɖaahe le nuwo katã ŋuti le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me,
”bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.
”Esia ke ŋuti hã Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.
”Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.
”Ke Mawu, mia Fofo la tɔ nanye kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la. Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o; eɖanye fiazikpuiwo o; alo aƒetɔnyenyewo o; eɖanye dziɖulanyenyewo o alo ŋusẽwo o: Wowɔ nuwo katã to eyama me, eye wowɔ wo hena eyama, eye eyama tre dzɔdzɔ na nuwo katã, eye nuwo katã nɔa anyi le eyama me, eye eyamae nye ŋutilã, si nye hame la ƒe ta, amesi nye gɔmedzedze kple ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome, bene wòanye gbãtɔ na nuwo katã; elabena edze Mawu ŋu bena, agbɔsɔsɔ blibo la katã nanɔ eyama me, eye wòto eyama dzi lé avu le nuwo katã kple eɖokui dome, esi wòto eƒe atitsoga ƒe ʋu la me wɔ ŋutifafa kple nusiwo le anyigba dzi kpakple nusiwo le dziƒowo la, to eyama dzi.
”amesiwo Mawu ɖi be, yeana woanya nusi nye nya ɣaɣla sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnyenye le trɔ̃subɔlawo dome, si nye Kristo le mia me, amesi nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ,
”Elabena Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme, eye woyɔ mi taŋ le eyama, si nye ta na dziɖulanyenye kple ŋusẽwo katã la me,
”Azɔ ne wofɔ mia kple Kristo ɖe tsitre la, ekema midi nusiwo le dziƒo, afisi Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe nuɖusi me. Mitsɔ miaƒe tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu, menye anyigbadzinuwo ŋu o. Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me. Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.
”Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me. Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.
”nusi gbɔ woyɔ mi ve to míaƒe nyanyuie la me, bene mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la nasu mia si.
”Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.
”esi dziɖula yayratɔ ɖeka, fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.
”Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam,
”amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame, amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;
”Ke ne egakplɔ ŋgɔgbevi la va xexeame la, egblɔ bena: „Eye Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu ne.“ Eye wògblɔ le mawudɔlawo ŋuti bena: „Etso eƒe dɔlawo wɔ yawo, eye wòtsɔ eƒe subɔlawo wo dzo ƒe aɖewo;“ ke egblɔ le Via ŋuti bena: „Mawu, wò fiazikpui nɔa anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, fiatikplɔ dzɔdzɔe enye wò fiaɖuɖu ƒe fiatikplɔ.
”Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.
”esime wògblɔ bena: „Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbe ƒã na nɔvinyewo, le hame la titina madzi ha akafu wò.“
”Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe. Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.
”Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,
”Ke nya, siwo miegblɔ la, ƒe emenya gãtɔ enye esi. Nunɔlagã sia tɔgbe le mia si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo,
”eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.
”ke eya la, esime wotsɔ vɔsa ɖeka na ɖe nuvɔ̃wo ta megbe la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me tegbetegbe,
”Azɔ, nɔviwo, esi dzideƒo le mía si, be míayi ɖe kɔkɔeƒe la me to Yesu ƒe ʋu la me,
”eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.
”Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti. Elabena mía Mawu hã nye dzo, si fiãa nu.
”Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.
”Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.
”Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la, nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo.
”amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.
”Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”ke ne amea ɖe kpe fu abe kristotɔ ene la, megakpe ŋu ne o, ke nekafu Mawu le nya sia me boŋ.
”Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo. Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu Fofo la gbɔ, esime nenem gbe sia ɖi tso ŋutikɔkɔe gã nyui la me va egbɔ bena: „Amesia nye Vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye!“
”Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.
”Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!
”eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti, eye wòwɔ mí hawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya to lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mava me yi ɖe mavɔ me! Amen. Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.
”Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu; ale Aƒetɔ Mawu, amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la, gblɔ esi!
”Eye metrɔ be, makpɔ gbe, si ƒo nu kplim la. Eye esi metrɔ la, mekpɔ sikakaɖiti adre, eye le sikakaɖiti adreawo titina la amea ɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wotsɔ sikalidziblanu bla akɔta. Eye teƒe ta kple eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu ɣi ene, eye abe sno ene, eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo ɖi gadzẽ, si wode kpodzo me wòbiã hẽ, eye eƒe gbe le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene. Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene. Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.
”Eye enumake menɔ gbɔgbɔ la me, eye kpɔ ɖa, wodo fiazikpui anyi de dziƒo, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye amesi bɔbɔ nɔ edzi la ŋuti le abe yaspis-kpe kple sardis-kpe ene, eye anyieʋɔ, si ŋuti le abe smaragd-kpe ene la, ƒo xlã fiazikpui la. Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.
”Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo; eye atsiaƒu, si me ka abe kristalo lãlɛ ene la, le fiazikpui la ŋgɔ, eye nu gbagbe ene, siwo ŋgɔgbe kple megbe yɔ fũ kple ŋkuwo la, le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la hã.
”Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la! Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena: Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.
”Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa. Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne. Eye wòva, eye wòxɔ agbalẽ la le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe nuɖusi me. Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si. Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu, eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi.
”Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo, wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu! Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.
”Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi, eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ! Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena: Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome.
”Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nenɔ anyi; elabena exɔ wò ŋusẽ gã, eye neɖu fia.
”Eye mese gbe gãa ɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mia nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe.
”Eye mese gbea ɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si mese la, le abe saŋkuƒola, siwo le woƒe saŋkuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene. Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe. Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la. Eye womekpɔ aʋatsokakaa ɖeke le woƒe nu me o; elabena wonye mokaka manɔŋutɔwo.
”eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.
”Eye kpo da, mekpɔ alilikpo yia ɖe, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi abe amegbetɔvi ene, eye sikafiakuku le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛa ɖe le esi.
”Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.
”Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu.
”Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.
”Nusiawo megbe la mese gbe gãa ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ;
”Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye woɖo gbe ɖa na Mawu, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Amen, mikafu Yehowa! Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mí ɖeviwo kple ame tsitsiwo! Eye mese gbea ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum! Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo.
”eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta, eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si amea leke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu; eye wòdo awua de, si ŋu wohlẽ ʋu do, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya. Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim. Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.
”Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!
”Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o. Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.
”Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o. Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene. Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.
”Eye nyemekpo gbedoxɔa ɖeke le eme o; elabena Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, kple Alẽvi la wonye eƒe gbedoxɔ. Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.
”Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam. Eye ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi la agbeti ti, si tsea ku wuieve, eye wotsena le ɣleti sia ɣleti, eye atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo. Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe, eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.
”Nyee nye Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu:
”