31 – Nyanyuigbɔgblɔ
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Nyanyuigbɔgblɔ.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Nyanyuigbɔgblɔ.
Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã? Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“
”Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le amesiwo woxɔna ɖe agbe la kple amesiwo tsrɔ̃na la dome, hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?
”Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o.
”Tso esia dzi, ŋkeke alesi anyigba li la, nuƒaƒã kple nuŋeŋe, viwo kple fifia, dzomeŋɔli kple pepi, ŋkeke kple zã nu matsi o.
”Mose do ŋu gblɔ bena: Ne womexɔ nye nya dzi se o, eye womeɖo to nye gbe o, ke boŋ wogblɔ bena: Yehowa mede eɖokui fia wò o ɖe?
”Tete Mose gblɔ na Yehowa bena: Taflatse, Aƒetɔ, nyemenya nuƒoƒo o, eye esia metso etsɔ kple nyitsɔ alo tso esime nède asi nuƒoƒo me kple wò dɔla o, elabena nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o. Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ameka wo nu na ame? Ameka wo aɖetututɔ alo tokunɔ alo nukpɔla alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowa oa? Heyi ko, makpe ɖe ŋuwò naƒo nu, eye mafia nusi nagblɔ la wò.
”Eye wògblɔ bena: Taflatse, Aƒetɔ, ɖi amea ɖe do boŋ. Tete Yehowa, do dɔmedzoe ɖe Mose ŋu gblɔ bena: Alo nyemenyae bena, nɔ viwò Aron, Lewitɔ la, nya nuƒoƒo nyuie oa? Kpɔ ɖa, egbɔna kpe; wò ge, eye ne ekpɔ wò la, dzi adzoe ŋutɔ. Ekema naƒo nu kplii, eye natsɔ nyawo ade enu, eye nye la makpe ɖe mia ŋu miaƒo nu, eye mafia nusi miawɔ la mi. Eya naƒo nu kple dukɔ la ɖe tewòƒe, eye wòanye wò nu; ke wò la nanɔ Mawu teƒe nɛ.
”Teƒe sia teƒe, si miaƒe afɔƒome aɖo la, matsɔe na mi, abe alesi megblɔ na Mose ene.
”Anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa; miɖe gbe ƒã eƒe xɔxɔ la gbawotsyogbe! Miƒo nu le eƒe ŋutikɔkɔe ŋu le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo ŋu le anyigbadzitɔwo katã dome.
”Meɖe gbe ƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gãwo me; kpɔ ɖa, nyememia nu o, Yehowa, ènyae. Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o; mekɔ nu le wò nuteƒewɔwɔ kple wò xɔname dzi, eye nyemeɣla wò amenuveve kple wò nyateƒe de ameha gãwo o.
”Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi; elabena womele xexlẽ me nam o. Mado kple Aƒetɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenyenye ɖeɖeko mekafu. Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbe ƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi. Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!
”Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbe ƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe! Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome!
”Maƒo nu le wò ɖaseɖiɖi la ŋu le fiawo ŋku me, eye ŋu makpem o.
”Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso. Azɔli dzi wole le avi fam hele nuku ƒaƒãwo tsɔm, ke wotsɔ lu bablawo gbɔ va aƒee kple dzadzɔ.
”Yehowa, ɖo dzɔla na nye nu, eye nabu nye nuyiwo ƒe mɔnu ŋu!
”Woakafu wò dɔwawɔwo tso dzidzime yi dzidzime, eye woaɖe gbe ƒã wò nutsuwɔwɔwo.
”Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã.
”Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse enye agbeti, eye nunyala xɔa dziwo na eɖokui.
”Mokɔkɔ doa dzidzɔ na dzi; nya nyui xɔxɔ dea amí ƒuto me. To, si sea mokaname agbetɔ la, nɔa nunyalawo dome. Amesi gbea amehehe la, edoa vlo eya ŋutɔ ɖokui; ke amesi sea mokaname la, adze nunya. Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu.
”Nya dzeto la anyitsi wonye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.
”Amesi mekea nu kplakplakpla o la, sidzedze le esi, eye ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela. Ne bometsila zi kpi la, wohunɛ nunyalae, ne emiã eƒe nuyiwo la, wohunɛ nugɔmeselae.
”Gɔmesese medzea bometsila ŋu o, ke boŋ be, wòaɖe eƒe tamesusu ɖe go.
”Bometsila ƒe nuyiwo dea dzre aƒe, eye eƒe nu yɔa ameƒoƒo ɖa. Bometsila ƒe nu enye eƒe gbegblẽ, eye eƒe nuyiwo nye mɔ na eya ŋulɔ ƒe agbe.
”Ne amea de mekpe se nya, hafi do eŋu o la, bometsitsi kple ŋukpe wonye nɛ.
”Ku kple agbe le aɖe si me, amesi dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.
”Nya nyui xɔxɔ tso duta le abe tsi fafɛ na amesi ƒe ve me ƒu la ene.
”nuvuvuɣi li, nye nutɔɣi li; ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li;
”Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.
”Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.
”Nyagblɔla sia la menye nunyala ko o, ke boŋ eda sidzedze dukɔ la, edo nu kpɔ, edi nu gɔme, eye wòdo lo geɖewo. Nyagblɔla la di nya viviwo be, yeakpɔ, eye nyateƒenya, siwo woŋlɔ ɖi la, wole eteƒe.
”Tete mese Aƒetɔ la ƒe gbe wògblɔ bena: Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí? Tete megblɔ bena: Nyee nye esi, dɔm!
”Eye wògblɔ bena: Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke mígase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o. Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o. Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,
”Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.
”Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa xa anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.
”Zion, wò du nyui xɔla, lia to kɔkɔ la; wò Yerusalem, du nyui xɔla, kɔ wò gbe dzi sesĩe; kɔe dzi megavɔ̃ o, eye gblɔ na Yuda-duwo bena: Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si!
”Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbe ƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbe ƒã xoname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!
”Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe; maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne mafa akɔ na konyifalawo katã; ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.
”Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o. Yehowa gblɔ nam bena: Meganɔ gbɔgblɔm be, yemetsi o, ke boŋ afisiafi, si maɖo wò ɖo la, nayi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nagblɔe. Megavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe! Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem.
”Yehowa be: Kpɔ ɖa, mado ɖɔkplɔla geɖewo ɖa, ne woaɖe wo; emegbe madɔ adela geɖewo ɖa, ne woayɔ wo ɖe nu tso towo katã kple togbɛwo katã dzi kpakple agatowo me.
”Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ɖu nusi kpam nèle la! Ɖu agbalẽ sia, eye yi naɖaƒo nu kple Israel ƒe aƒe la. Tete meke nu, eye wotso agbalẽ la nam, be maɖu, hegblɔ nam bena: Amevi, tso agbalẽ, si metsɔ na wò la, ɖi ƒoe, eye natsɔe ayɔ wò dɔgboe! Eye meɖui, wòviví le nu me nam abe anyitsi ene. Tete wògblɔ nam bena: Amevi, yi Israel ƒe aƒe la gbɔ nagblɔ nye nyawo na wo.
”Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.
”Tete Yehowa ƒe gbe va na Yona zi evelia bena: Tso, nayi Niniwe, ɖu gã la me, eye naɖe gbe ƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ.
”Eye Yona zɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dua me heɖe gbe ƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃! Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi. Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me. Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o, ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti. Amea ɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be miatsrɔ̃ o hĩ! Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.
”Kpɔ ɖa, ɖu nyui xɔla ƒe afɔwo ɖo towo dzi, eye wòle gbe ƒã ɖem ŋutlfafa be: Yuɖa, ɖu wò ŋkekenyuiewo, eye nawɔwò adzɔgbeɖeɖewo dzi; elabena ame vlo la magaƒo ɖe, dzlwò azɔ o, wo-tsrɔ̃e keŋkeŋ!
”Le ŋkeke mawo me la Yohanes, mawutsidetanamela, va do, eye wòle gbe ƒã ɖem le Yudea-gbedzi le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.
”Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ,
”Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“
”Tso ekema dzi la Yesu de asi gbeƒãdeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!
”Eye wògblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi mianye ameɖelawo! Enumake wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome. Ke esi wòdzo le afima te yi ŋgɔ la, ekpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo, si nye Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes, wole ʋu me kple wo fofo Zebedeo hele woƒe aɣliwo sam, eye wòyɔ wo. Enumake wogblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi, eye wodze eyome.
”Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.
”Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee. Miawoe nye anyigba ƒe dze; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge wòala ado vivi ne mahã? Tso esia dzi la meganyo na naneke o; ke boŋ woatsɔe aƒu gbe, bena amewo naɖo afɔ edzi.
”Miawoe nye xexeame ƒe kekeli Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o. Eye womesia akaɖi hã dana ɖe afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòaklẽ na amesiwo katã le aƒea me. Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.
”Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia, nu le la o; ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo dua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpo va fia nu le o: elabena afisi wò nu nyui le la, afima wò dzi hã lanɔ.
”Eye eƒe nusrɔlawo dome ame bubu gblɔ ne bena: Aƒetɔ, ɖe mɔ nam, ne mayi aɖaɖi fofonye gbɔ. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nɔ yonyeme, eye nana ame kukuwo naɖi woawo ŋutɔwo ƒe ame kukuwo.
”Eye esi Yesu to afima yina la, ekpa ŋutsua ɖe, si woyɔna be Mateo, si no anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Eye wòtsi tre dze eyome.
”Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.
”Tete wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Nuŋeŋe la sa gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.
”Eye ne miele yiyim la, miɖe gbe ƒã gblɔ bena: „Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!“ Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.
”Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o; nagatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu. Ke ne miayi ɖe ɖu alo kɔƒea ɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie; eye minɔ afima, vaseɖe esime miadzo. Eye ne mieyi aƒea me la, mido gbe na wo. Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.
”Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o.
”Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene. Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.
”Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge míala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge míala la mi. Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe Gbɔgbɔ lae nye amesi le nu ƒom le mia me?
”Nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade vi asi, ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eve woatsɔ wo ana woawu Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe. Ne woti mia yome le du sia me la, nusi yi ɖe bubua ɖe me; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o.
”Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me; ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.
”Migaɖu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ. Elabena meva ame kple fofoa, vinyɔnuvi kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome mã ge; eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo. Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o. Eye amesi ke metsɔ eƒe atitsoga ɖo eɖokui dzi dze yonyeme o la, eya medzem o. Amesi ke ɖe eƒe agbe la, eya labui; eye amesi ke bu eƒe agbe le tanye la, eya lakpɔe. Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa.
”Eye wòva me, esi Yesu de se na eƒe nusrɔ̃la wuieveawo vɔ la, edzo le afima, be yeayi aɖafia nu, eye yeagblɔ nya lé woƒe duawo me.
”Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo. Eye Woayra amesi ke mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.
”Eye tso Yohanes mawutsidetanamela ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham.
”Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena wòtrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒẽɖeɖe la nu; eye kpo ɖa, amesi wu Yona la, le afii!
”Eye wògblɔ nya geɖewo na wo le lododowo me bena: Kpɔ ɖa, nukuwula do go yi nuku wu ge; eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye dziƒoxeviwo va mii; ke bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi, afisi womekpɔ anyi geɖe le o; eye wodo nu ɖa enumake, elabena womekpɔ anyi sɔ gbɔ o; ke esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye esi ke meli na wo o ŋuti la, woyrɔ. Bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo mie vu tsyɔ wo dzi. Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wotse, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.
”Miawo la, azɔ miɖo to lododo la le nukuwula ŋuti. Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la. Ke nusi wowu ɖe kpenyigba dzi la, eya nye amesi, ne ese nyaa la, exɔne enumake kple dzidzɔ; ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu. Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la. Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.
”Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi logoku, si amea ɖe tsɔ ƒã ɖe eƒe abɔ me; evɔ wònye eyae nye suetɔ le atikuwo katã dome hafi; gake ne etsi ko la, ezua ati, eye wòƒoa abɔmetiwo katã ta; ale bena dziƒoxeviwo va wɔa atɔ ɖe eme.
”Eye wòxɔ edzi gblɔ bena: Ati sia ati, si Fofonye, si le dziƒo la, medo o la, woahoe.
”Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme. Elabena amesi ke be, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, akpɔe. Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã? Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.
”Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.
”Elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖi aƒetɔa ɖe, si do go ŋdikanya, be yeadɔ dɔwɔlawo de yeƒe weinbɔ me. Ke esi eya kple dɔwɔlawo nyi denario ɖeka ƒe asi ɖe ŋkeke ɖeka dzi la, edo wo de eƒe weinbɔ la me. Eye esi wòdo go le gaƒoƒo etɔ̃lia me la, ekpa ame bubuwo le tsitre le asi me le kuvia me; eye wògblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me, eye nusi ke anyo la, mana mi. Eye woyi. Ke egado go le gaƒoƒo adelia kple asiekelia me, eye wògawɔ nenema ke. Ke esi wòdo go le gaƒoƒo wuiɖekelia me la, ekpɔ ame bubuwo le tsitre, eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti míetsi tre le kuvia me ɖe afisia ŋkeke blibo la katã mahã? Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me. Ke esi fiẽsi ɖo la, weinbɔtɔ la gblɔ na eƒe xɔnuvi bena: Yɔ dɔwɔlawo vɛ, eye nana fetu wo, eye nadze egɔme atso mlɔetɔwo dzi vaseɖe gbãtɔwo dzi. Eye esi gaƒoƒo wuiɖekelia me tɔwo va la, wo katã woxɔ denario ɖekaɖeka. Ke esi gbãtɔwo va la, wobu xa bena, yewoaxɔ ɖewo ɖe dzi, eye woawo hã woxɔ denario ɖekaɖeka. Eye esi woxɔe la, woli liʋiliʋi le aƒetɔ la ŋuti gblɔ bena: Ame mlɔetɔ siawo wo do gaƒoƒo ɖeka ko, eye nèwɔ wo wosɔ kpli mi, amesiwo kpe hiã ŋkeke blibo la katã, eye ŋɖɔkutsu ɖu mi la. Eye wòɖo eŋu gblɔ na wo dometɔ ɖeka bena: Xɔ̃nye, nyemewɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò o, alo mia kpli wò la menye denario dzi mienyi asi ɖo o mahã? Tsɔ tawò nayi; gake melɔ̃ bena, mana mlɔetɔ sia, abe alesi mena wò ene. Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?
”Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via, eye wòdɔ eƒe dɔlawo, bena wòayi aɖayɔ amesiwo wokpe la, ava srɔɖeŋkekenyuieɖuƒee; ke womelɔ̃ bena, yewoava o. Egadɔ dɔla bubuwo gblɔ bena: Migblɔ na amesiwo wokpe la bena: Kpɔ ɖa, medzra nye nuɖuɖu ɖo; wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nuwo katã sɔ gbe; miva srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe. Ke womebui nɛ o, eye wodzo heyi, ame ɖeka yi eƒe abɔ me, eye ame bubu yi eƒe adzɔ do ge. Eye mamleawo lé eƒe dɔlawo, wodo vlo wo, eye wowu wo. Ke fia la do dɔmedzoe, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo, eye woyi ɖagblẽ nenem hlɔ̃dola mawo, eye wòtɔ dzo woƒe du.
”Tete wògblɔ na eƒe dɔlawo bena: Srɔ̃ɖenuawo sɔ gbe; gake amesiwo wokpe lã, womedze o. Eyaŋuti miyi mɔ dzeveewo dzi, eye amesiame, si ke míakpɔ la, miyɔe va srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe. Eye nenem dɔla mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo amesiame, si wokpɔ la, nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa, eye srɔ̃ɖeƒe la yɔ fũ kple kplɔ̃ŋutinɔlawo.
”Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti. Ekema woaɖia ame geɖewo nu, eye woade wo nɔewo asi, eye wòalé fu wo nɔewo. Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo.
”Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.
”Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.
”Yohanes va do, amesi de mawutsi ta na amewo le gbeadzi, eye wòɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃keke.
”Ke esi wòlé Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu va Galilea hele gbe ƒã ɖem Mawu ƒe nyanyuie la bena: Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vo. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixa nyanyuie la dzi se!
”Eye esi wòle Gatilea-ƒua nu tom yina la, ekpɔ Simon kple nɔvia Andrea wole asabu dam ɖe ƒu la me; elabena tɔƒodelawo wonye. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Miva nɔ yonyeme, eye mawo mi míazu ameɖelawo. Eye enumake la wogblẽ asabuawo ɖi, eye wodze eyome.
”Eye wògblɔ na wo bena: Mina ne miayi du bubuwo me, bena magblɔ nya le afima hã; elabena esia ta medo go do.
”Eye esi wòto afima yina la, ekpa Lewi, Alfeo vi la, bɔbɔ nɔ anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Tete wòtsi tre dze eyome.
”Eye wòɖo ame wuieve, bena woanɔ ye ŋuti, eye bena yeadɔ wo aɖo ɖa woaɖaɖe gbe ƒã, eye bena ŋusẽ nanɔ wo si hena gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyà do goe.
”Miɖo to! Kpɔ ɖa, nukuwula ɖo go yi nuku wu ge; eye wòva ve me bena, esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va mi wo. Eye bubu ge ɖe kpenyigba dzi, afisi mekpɔ anyi geɖe le o; eye wòdo nu ɖa enumake, elabena mekpɔ anyi sɔ gbɔ o; eye esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖui; eye esi ke meli nɛ o ŋuti la, eyrɔ. Eye bubu ge ɖe ŋuwo me; eye ŋuwo mie, eye wovu tsyɔ edzi, eye metse ku o. Eye bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye esi womie la, wotsi, eye wotse, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa. Eye wògblɔ bena: Amesi to senu li nɛ la, nesee! Eye esi wòsusɔ eya ɖeka ɖi la, amesiwo kpe ɖe eŋuti kple ame wuieve la, wòbia lo la gɔme. Eye wògblɔ na wo bena: Miawo la wona mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣla mi; ke ame mawo, siwo le egodo la, wona nuwo katã wo le lododowo me, bena amesiwo le nu kpɔm la, nakpɔ nu, ke womagadze sii o; eye amesiwo le nu sem la, nase nu, ke womagase egɔme o, bena woagatrɔ, ne woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o.
”Eye wògblɔ na wo bena: Ne miese lo sia gɔme o la, aleke lawɔ, eye mianya lododoawo katã gɔme mahã? Nukuwula le nya la wum. Ke esiawo nye amesiwo le mɔ to, afisi wowu nya la ɖo; eye ne wosee ko la, enumake Satana vana, eye wotsɔa nya, si wowu ɖe wo me la, yinɛ. Ke esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la, wonye amesiwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ; eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo. Eye bubu, siwo wowu ɖe ŋuwo dome la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamleawo ƒe amedzodzro yina ɖe wo me, eye wotsyɔa nya la dzi, eye wotsia matsematse. Eye esiwo wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye woxɔnɛ, eye wotsena, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, ɖewo alafa.
”Eye wògblɔ bena: Mawufiaɖuƒe lã le ale, abe alesi ame tsɔa nuku dea anyigbatu me ene; eye wòdɔa alɔ, eye wòfɔna zã kple keli, eye nuku la miena, eye wòtsina ale bena, eya ŋutɔ menyanɛ o. Anyigba la na nuku wɔna le eɖokui si; gbã ewɔa togba, ekema liŋɔ, emegbe la kutsetse blibo noa liŋɔ la me. Ke ne kutsetse la ɖi la, enumake edoa nuŋehɛ ɖa; elabena nuŋeɣi la ɖo.
”Eye wògblɔ bena: Nuka ŋu miatsɔ mawufiaɖuƒe la aɖoe mahã? Alo lo ka woaɖo le eŋuti mahã? Ele abe logoku ene, esi ne woƒãe ɖe anyigba me la, ele sue wu atiku, siwo katã le anyigba la dzi; eye ne woƒãe la, emiena, eye wòva lolona wua abɔ me tiwo katã, eye wòɖea alɔ gãwo nenem bena, dziƒoxeviwo ate ŋu adze ɖe eƒe vɔvɔli me.
”Eye mena mɔe o; ke egblɔ nɛ bena: Heyi aƒewò me ɖe tɔwòwo gbɔ, eye naxlẽ nusianu, si Aƒetɔ la wɔ na wò kple alesi wòkpɔ nublanui na wò la, afia wo. Eye wòdzo yi hede asi gbeƒãɖeɖe me nusianu, si Yesu wɔ nɛ la le Dekapoli; eye wo katã wotsi yaa.
”Tete wòyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve; eye wòna ŋusẽ wo de gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi; eye wòde se na wo bena, woagatsɔ naneke de asi de mɔzɔzɔ ŋu o, negbe atizɔti ko; menye kotoku alo abolo o, alo ga nanɔ woƒe go nu hã o; ke wòado atokotawo; eye womagado dziwui eve o. Eye wògblɔ na wo bena: Afisi ke miayi ɖe aƒea ɖe me le la, minɔ afima vaseɖe gbesigbe ke miadzo.
”Eye teƒe, si womexɔ mi le o, alo womeɖo to mi le o la, ne miele dzodzo ge le afima la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la abe du ma ene o. Eye esi wodo go yi la, wode gbe ƒã bena, woatrɔ le woƒe dzi me.
”Eye wògblɔ na wo bena: Mieɖe Mawu ƒe se la ɖa nyuie, bena mianyi mia ŋutɔwo ƒe kɔ.
”Eye lãvi ʋeea ɖewo hã le wo si, eye esi wòyra ɖe wo dzi la, ena wotsɔ woawo hã ɖo wo kɔ me. Eye woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wòfɔ kakɛ, siwo susɔ la, wòde kevi adre. Ke wo nu anɔ ame akpe ene, eye wòdo mɔ wo.
”Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme. Elabena amesi ke di be, yeade yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi atsrɔ̃ eƒe agbe le nye kple nyanyuie la ŋuti la, aɖee. Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?
”Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.
”Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyuie la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.
”Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Eye ele be, woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.
”Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae.
”Eye nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade via asi, eye ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawui. Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.
”Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã. Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.
”Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me.
”abe alesi amesiwo kpɔ eteƒe kple ŋku tso gɔmedzedzea me ke, eye wonye nya la ƒe dɔlawo, tsɔe de asi na mí ene la, ta la,
”be nana xɔxɔ ƒe nyanya le woƒe nuvɔ̃tsɔtsɔke me
”Eye dɔla la gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Elabena kpɔ ɖa, meva dzidzɔ gã ŋutinya gblɔ ge fia mi, esi lanye na dukɔ blibo la katã;
”Eye wòva Yordan-nutowo katã me godoo hele gbe ƒã ɖem dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname hena nuvɔ̃wo ƒe keke; alesi woŋlɔ ɖi le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me bena: „Amesi le ɣli dom le gbeadzi ƒe gbe enye esi: Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo dzɔdzɔe. Woaxe ʋe sia ʋe, eye woabɔbɔ to sia to kple togbɛ sia togbɛ ɖe anyi, eye mɔ gɔglɔ̃wo lazu dzɔdzɔe, eye mɔ tsakliwo lazu zɔzrɔ̃e! Eye ŋutilã katã akpɔ Mawu ƒe xɔxɔ la.
”Eye wògblɔ nyanyuie fia dukɔ la hele nu xlɔ̃m wo le nu bubu ƒomevi geɖewo hã ŋuti;
”Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,
”Ke egblɔ na wo bena: Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyuie afia du bubuawo hã; elabena eyata wodɔm ɖo.
”Eye esi wòdzudzɔ nuƒoƒo la, egblɔ na Simon bena: Mite yi tɔ ƒo, eye miɖi miaƒe ɖɔwo, ne miaɖe lã. Eye Simon xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye miekpɔ naneke o, gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo. Eye esi wowɔ esia la, woɖe lã geɖe ŋutɔ, eye woƒe ɖɔwo le dzedzem; eye wòmia asi wo tɔ, siwo le ʋu bubu me la bena, woava ade asi eme na yewo. Eye wova, eye woyɔ ʋuawo kple eve fũ, ale be woɖe asi toyiyi me. Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye. Elabena kuvia ɖoe kple amesiwo katã kpe ɖe eŋuti, le ɖɔɖiɖi zi ɖeka ƒe lã, si woɖe la ŋuti; nenema ke hãe nye Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo, amesiwo nye Simon ƒe hadɔwɔlawo. Eye Yesu gblɔ na Simon bena: Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge. Eye esi woku ʋuawo va ƒo ɖe go la, wogblẽ nuwo katã ɖi, eye wodze eyome.
”Eye nusiawo megbe la edo go, eye wòkpɔ nudzɔlaa ɖe, eŋkɔ enye Lewi, le anyinɔƒe le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme. Eye wògblẽ nuwo katã ɖi, eye wòtsi tre dze eyome.
”Dzi nadza mi le ŋkeke ma me, eye midzo kpo, elabena kpɔ ɖa, miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema ke wo fofowo wo nya gblɔɖilawoe.
”Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo. Eye Woayra amesi mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.
”Eye wòva ve me le esia megbe ʋee la bena, eyi ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyuie gblɔm fia; eye ame wuieveawo le eŋu
”Nukuwula do go yi eƒe nuku wu ge; eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mo to, eye woɖo afɔ edzi, eye dziƒoxeviwo va mii. Eye bubu ge ɖe kpe gbadza dzi, eye wòmie, eye wòyrɔ, elabena mekpɔ vɔnyigba o. Ke bubu ge ɖe ŋuwo me, eye ŋua wo mie kplii, eye wovu tsyo edzi. Eye bubu ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye womie, eye wòtse teƒe alafa. Eye esi wògblɔ esiawo la, edo ɣli bena: Amesi to senu li nɛ la, nesee! Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae bena: Nuka lo nye esia? Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.
”Ke lo lae nye esi: Nuku la enye Mawu ƒe nya. Ke esiwo le mɔ to la, woawo nye amesiwo le esem; tete Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yine, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o. Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe. Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o. Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.
”Trɔ yi aƒewò me, eye naxlẽ nusiwo Mawu wo na wò la afia. Eye wòdzo yi hele gbe ƒã ɖem nusiwo Yesu wo nɛ la, to ɖu blibo la katã me.
”Eye wòyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ kple mɔ wo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã dzi, eye be, woaɖe dɔlélewo ɖa. Eye wòdɔ wo ɖa be, woaɖe gbe ƒã mawufiaɖuƒe la, eye be woada gbe dɔlélawo ŋu. Eye wògblɔ na wo bena: Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, ati loo, alo kotoku alo abolo alo klosalo alo awu eve o. Eye aƒe, si ke me miage ɖo la, minɔ afima, eye miagadze mɔ atso afima.
”Eye amesiwo mexɔ mi o la, ne miele dzodzo ge le du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti hena ɖaseɖiɖi ɖe wo ŋuti. Eye esi wodzo la, woyi ɖato kɔƒeawo me hele nyanyuie la gblɔm fia, eye wole gbe dam le amewo ŋu le afisiafi.
”Eye wògblɔ na wo katã bena: Ne amea ɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme. Elabena amesi ke ɖi bena, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔe, ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, aɖee. Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, eye woatsrɔ̃, alo wòabu ye ŋutɔ ɖokui mahã?
”Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.
”Eye wògblɔ na ame bubu bena: Dze yonyeme! Ke eya gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖe mɔ nam, be mayi aɖaɖi fofonye hafi. Ke egblɔ ne bena: Na ame kukuawo naɖi woa ŋutɔwo ƒe kukuawo; ke wò la yi ɖagblɔ mawufiaɖuƒe la fia.
”Eye ame bubu hã gblɔ bena: Aƒetɔ, manɔ yowòme; gake ɖe mɔ nam, be mayi aɖaklã amesiwo le aƒenye me hafi. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi tsɔ eƒe asi ɖa ɖe kodzi dzi, eye wogale megbe kpɔm la, medze mawufiaɖuƒe la o.
”Ke nusiawo megbe la Aƒetɔ la ɖo ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.
”Eye wògblɔ na wo bena: Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo meɖe ha o; eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.
”Miheyi! Kpɔ ɖa, mele mia dɔm abe alẽviwo ene ɖo ɖe amegãxiwo dome. Migatsɔ gakotoku alo mɔzɔkotoku alo atokotawo o, eye migado gbe na amea ɖeke le mɔ dzi o.
”Ke du, si ke me miege ɖo, eye womexɔ mi o la, miyi ɖe eƒe ablɔwo me, eye migblɔ bena: Mieʋuʋu miaƒe ɖu me ʋuʋudedi, si ke lé ɖe miaƒe afɔwo ŋuti, gɔ̃ hã ɖi na mi; gake minya esia bena, mawufiaɖuƒe la gogo. Ke mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom le ŋkeke ma dzi abe du ma ene o.
”Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.
”Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple dzidzime sia, eye woabu fɔe; elabena wotrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒãɖeɖe nu, eye kpɔ ɖa, amesi wu Yona, le afisi!
”Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me; ke amesi ke gbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me.
”Eye ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, migatsi dzimaɖi be, aleke miawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mia ɖokui nu alo agblɔ o; elabena Gbɔgbɔ kɔkɔe la afia nusi miagblɔ la mi le gaƒoƒo ma dzi.
”Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o. Elabena afisi miaƒe nu nyui le la, afima miaƒe dzi hã lanɔ.
”Miebu xa bena, ŋutifafa na ge meva le anyigba dzi mahã? Kpao, mele egblɔm na mi bena, memamã boŋ ye; elabena tso esia dzi yina la ame atɔ̃ ano aƒe ɖeka me, eye woamã wo me, etɔ̃ atsi tre ɖe eve ŋuti, eye eve atsi tre ɖe eta ŋuti. Woamã fofo kple viŋutsu me, eye viŋutsu kple fofo me, ɖada kple vinyɔnu me, eye vinyɔnu kple ɖada me; lɔ̃xo kple visrɔ̃ me, eye visrɔ̃ kple lɔ̃xo me.
”Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.
”Eye wògblɔ nɛ bena: Amea ɖe ɖo fiẽkplɔ̃ gãa ɖe, eye wokpe ame geɖewo; eye esi fiẽnuɖuɣi la ɖo la, edɔ eƒe dɔla la be, woagblɔ na amesiwo wokpe la bena: Miva, elabena nuawo sɔ gbe vo. Eye ameawo katã de asi taflatsedodo me kple tame ɖeka. Gbãtɔ gblɔ ne bena: Meƒle anyigba, eye wòle vevie nam be, mayi aɖakpɔe ɖa; meɖe kuku na wò, bui taflatse nam. Bubu gblɔ bena: Meƒle nyi eveveve teƒe atɔ̃, eye meyina be, mado woakpɔ; meɖe kuku na wò, bui taflatse nam. Eye bubu gblɔ bena: Meɖe srɔ̃; eyata nyemate ŋu ava o. Eye esi dɔla la trɔ va la, exlẽ nusiawo fia eƒe aƒetɔ. Tete aƒetɔ la ɖo dɔmedzoe, eye wògblɔ na eƒe ɖɔla la bena: Do go kaba yi ɖe ɖu la ƒe ablɔwo me kple kpɔdomiwo, eye nakplɔ ame dahewo kple nuwɔametɔwo kple ŋkuagbãtɔwo kple bunɔwo va afii. Eye ɖɔla la gblɔ bena: Aƒetɔ, wowɔ se, si nède la dzi, eye gake nɔƒe gali. Eye aƒetɔ la gblɔ na dɔla la bena: Do go yi mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nazi wo dzi be, woava me, bena nye aƒe la nayɔ fũ. Elabena mele egblɔm na mi bena: Ŋutsu mawo, siwo wokpe la, dometɔa ɖeke maɖɔ nye fiẽnuɖuɖu la akpɔ o.
”Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. Amesi ke metsɔ eƒe atitsoga, eye wòva dze yonyeme o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
”Azɔ nenema ke mia dome amesiame, si megbe nusiwo katã le esi la o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. Dze la, nu nyui ye; ke ne dze hã bu eƒe vivi la, nuka woatsɔ ado vivi nɛ mahã?
”Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.
”Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.
”Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.
”Eye le ŋkekeawo dometɔ ɖeka dzi, esi wòle nu fiam, eye wòle nyanyuie la gblɔm na dukɔ la le mawuƒe me la, eva ve me bena, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple amegãwo va tsi tre,
”Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti. Esia ava mia dzi hena ɖaseɖiɖi.
”Azɔ la miɖo le miaƒe dzi me be, miagasusu gbã alesi miaɖe mia ɖokui nu o; elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o.
”Gake dzilawo kple nɔviŋutsuwo kple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ade mi asi, eye woawu mia dometɔa ɖewo. Eye amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti.
”Eye wògblɔ na wo bena. Esi medɔ mi, gakotoku kple mɔzɔkotoku kple atokotawo manɔ mia sii la, ɖe nane hiã mi mahã? Eye wogblɔ bena: Naneke mehiã mí o. Egblɔ na wo bena: Ke azɔ la, amesi gakotoku le esi la, netsɔe, nenema ke mɔzɔkotoku hã; eye amesi si mele o la, nedzra eƒe avɔ, eye wòaƒle yi.
”eye bena, woaɖe gbe ƒã dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃wo ƒe keke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã la, adze gɔme atso Yerusalem. Miawoe nye nusiawo ƒe ɖaseɖilawo.
”Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena, amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso.
”Esi ŋu gake la, ele didim be, yeayi ɖe Galilea, eye wòkpɔ Filipo; eye Yesu gblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.
”Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o. Nikodemo gblɔ nɛ bena: Aleke lawo woadzi amesi ku amegã mahã? Ɖe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dome zi evelia, be woagadzia? Yesu ɖo ŋu bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso tsi kple Gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye. Megawɔ mo yaa na wò be, megblɔ na wò bena: Ele be, woadzi mi atso dziƒo o. Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.
”Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Míeƒoa nu le nusi mienyã la ŋuti, eye mieɖia ɖase le nusi míekpɔ la ŋuti, eye miexɔa miaƒe ɖaseɖiɖi la o. Ne megblɔ anyigbadzinuwo ŋutinya na mi, eye miexɔe se o la, aleke lawɔ miaxɔ ase, ne megblɔ dziƒonuwo ŋutinya na mi mahã?
”Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi. Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o. Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. Ke amesi woa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.
”Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.
”Menye miawoe gblɔ bena: Ɣleti ene koe susɔ, eye nuŋeɣi la laɖo o mahã? Kpɔ ɖa, mele egblɔm na mi bena: Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe. Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ. Elabena le eya me nya, si wogblɔ ɖi be: Bu dona, bu ŋena la, enye nyateƒe. Nye la medo mí, be míaŋe nusi ŋuti miedze agbagba le o; ame bubuwo dze agbagba, eye miawo miege ɖe woƒe dɔwɔwɔ la me.
”Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.
”Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.
”Tete Yesu gblɔ na Yudatɔ, siwo xɔ edzi se la bena: Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.
”Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.
”Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi metoa agboa nu heyina ɖe alèxɔa me o, ke wòyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme la, eya nye fiafitɔ kple adzodala.
”Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi. Elabena nye la nyemeƒo nu le ɖokuinye si o; ke Fofo, si dɔm ɖa la, eya ŋutɔ na nusi magblɔ kple nusi maƒo la ƒe sem.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
”ke woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.
”Egblɔ na wo bena: Miɖi ɖɔ la ɖe ʋu la ƒe nuɖusi me, eye miaɖee. Tete woɖii, eye womete ŋu le ehem o le lã geɖe, si wode la ŋuti. Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo. Ke nusrɔ̃la bubuawo le ʋuvi la me va; elabena woawo kple gota dome medidi o, anɔ abɔ alafa eve ko, eye wole ɖɔ, si yɔ fũ kple lãwo la hem. Eye esi woɖi go la, wokpɔ akadzo le afima, eye lã kple abolo le edzi. Yesu gblɔ na wo bena: Mitso lã, si mieɖe fifia la, ƒe ɖe vɛ. Simon Petro yi ɖalia ʋu la, eye wòhe ɖo la va gota, eye wòyɔ fũ kple lã gã alafa kple blaatɔ̃ vɔ etɔ̃, eye esi wosɔ gbɔ ale hã la, ɖo la medze o.
”Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.
”Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.“
”Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana. Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la. Eɖi ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!
”Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.
”hele Mawu kafum, eye wokpɔ amenuveve le dukɔ blibo la katã gbɔ. Eye Aƒetɔ la tsɔa amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe ha la ŋu gbesiagbe.
”Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo, bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye wòadɔ Kristo Yesu, si woɖo ɖi na mi la ɖa. Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la.
”Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.
”Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.
”Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi.
”Eye esi woyɔ wo vɛ la, wode se na wo bena, woagagblɔ nyaa ɖeke alo afia nu hã le Yesu ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o. Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ! Elabena miate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi miekpɔ kple nusi miese la ŋuti o.
”Eye azɔ, Aƒetɔ, kpɔ woƒe ŋɔdzidodowo ɖa, eye nana be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã, le esi me be, nado wò asi ɖa hena dɔyɔyɔ, eye bena dzesiwo kple nukunuwo nava me to wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ dzi. Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.
”Eye apostolowo ɖi ɖase kple ŋusẽ gã le Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi la ŋuti, eye amenuveve gã le wo katã dzi.
”Eye esi wokplɔ wo ve la, wotsɔ wo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me. Eye nunɔlagã bia wo bena: Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi. Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.
”Tete woɖo toe; eye esi woyɔ apostoloawo ve la, woƒo wo, eye wode se na wo be, woagaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔa dzi o, eye wodo mo wo. Ke woawo la wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woaɖo ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta. Eye gbesiagbe womedzudzɔ nuhaha kple nyanyuiegbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.
”Ke amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia. Eye Filipo va Samaria-dua me, eye wòɖe gbe ƒã le Kristo ŋuti na wo.
”Eye esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyuie gblɔm la dzi se la, wode mawutsi ta na wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
”Azɔ woawo la, esi woɖi ɖase, eye wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la vɔ la, wogagbugbɔ va Yerusalem; eye wogblɔ nyanyuie la fia le Samaria ƒe kɔƒe geɖewo me.
”Eye Filipo ke nu, eye wòdze gome tso ŋɔŋlɔ sia dzi hegblɔ Yesu ŋu nyanyuie la fiae. Ke esi wole mɔa dzi heyina la, wova ɖo tsia ɖe gbɔ Eye aƒedzikpɔla la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, tsie nye esi, nuka xe mɔ na nye mawutsidedeta mahã? Eye Filipo gblɔ ne bena: Ne èxɔe; se kple wò dzi blibo la katã la, ekema woɖe mɔ na wò. Eye wòxɔ dzi ne gblɔ bena: Mexɔe se bena, Yesu Kristo enye Mawuvi la. Eye wòna woto tasiaɖam la, eye woa kple eve la katã, Filipo kple aƒedzikpɔla la, woɖi ɖe tsi la me, eye wòde mawutsi ta nɛ.
”Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.
”Ke Barnaba xɔe, eye wòkplɔe yi apostoloawo gbɔ, eye woxlẽe fia wo, alesi wòkpɔ Aƒetɔ la le mo dzi, eye bena eƒo nu nɛ, kple alesi wògblɔ nya dzifeƒotɔe le Yesu ƒe ŋkɔa me le Damasko. Eye eya kplii wovaa me, gadoa go le Yerusalem hele nya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me; eƒo nu, eye wosẽ nu hã kple Helatɔwo; ke woawo ɖi be, yewoawu.
”Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ. Mia ŋutɔwo mienyã nya, si va ve me le Yudea katã, eye wòdze gome tso Galilea, le mawutsidedetaname, si Yohanes ɖe gbe ƒãe la megbe:
”Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi. Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me. Esi Petro gale nya siawo gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la dze amesiwo katã le nya la sem la dzi.
”Eye apostolowo kple nɔvi, siwo le Yudea la se bena, trɔ̃subɔlawo hã xɔ Mawu ƒe nya la.
”eye wòka eta na mí, alesi wòkpɔ mawudɔla la le tsitre le eƒe me, eye wògblɔ bena: Dɔ ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la vɛ, amesi lagblɔ nya, siwo me nato akpɔ ɖeɖe la, na mia kple aƒewò katã.
”Eye esi wose nya siawo la, wozi ɖoɖoe, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Ekema Mawu na dzimetɔtrɔ trɔ̃subɔlawo hã hena agbe.
”Ke esime wo dome ŋutsua ɖewo tso Kipro kple Kirene va Antioxia la, woƒo nu na Helatɔwo hã hele Aƒetɔ, Yesu ŋuti nyanyuie la gblɔm fia wo. Eye Aƒetɔ ƒe asi li kpli wo, eye ame geɖewo xɔe se, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.
”le esime Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔ ƒe mawutsidedetaname fia Israel dukɔ blibo la katã le eƒe vava ŋgɔ.
”Eye miawo míele nyanyuie, si ŋugbe wodo na fofoawo la, gblɔm fia mi,
”Eye le Sabat, si dze eyome dzi la, esusɔ ʋee, ne du blibo la katã kloe naƒo ƒu ase mawunya la.
”Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ. Elabena nenema Aƒetɔ la de se na mí bena: „Meɖo wò nanye trɔ̃subɔlawo ƒe kekeli, bena nanye xɔxɔ hena anyigba ƒe seƒe ke.“
”Eye esi trɔ̃subɔlawo see la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Aƒetɔ ƒe nya la; eye ame alesi nu woɖo ɖi na agbe mavɔ la, xɔe se. Eye Aƒetɔ ƒe nya la kaka ɖe anyigba blibo la katã dzi.
”Tete Yudatɔwo de zi nyɔnu ŋkutatɔ, siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, eye wona yometiti dzɔ ɖe Paulo kple Barnaba dzi, eye wonyã wo tso woƒe nutoawo me. Ke woawo la, esi woʋuʋu ke le woƒe afɔwo ŋuti ɖe wo ŋu la, wova Ikonio.
”Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se. Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu.
”Gake la wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo le Aƒetɔ la me, eya amesi ɖi ɖase le eƒe amenuvevenya la ŋuti, le esime wòna wowɔ dzesiwo kple nukunuwo to woƒe asiwo dzi.
”Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;
”Eye esi wogblɔ nyanyuie la fia du ma, eye wowɔ ame geɖewo zu nusrɔ̃lawo la, wogbugbɔ va Listra kple Ikonio kpakple Antioxia, hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.
”Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase.
”Eye esi woto Frigia-kple Galatia-nutowo me yi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la xe mɔ na wo be, woagagblɔ nya la le Asia o; eye esi wova Misia-nutowo me la, wote Bitinia-yiyi kpɔ; gake Yesu ƒe Gbɔgbɔ la meɖe mɔ na wo o; eye woto Misia ŋu yi Troa. Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí! Eye esi wòkpɔ ŋutega la la, enumake miedi be, míayi Makedonia, esi miedze sii pete bena, Mawue yɔ mí ɖa, be miagblɔ nyanyuie la afia wo.
”Tete wòbia akaɖi, eye wòƒu du yi ɖe eme, eye wòle dzodzom nyanyanya hedze Paulo kple Sila ƒe afɔ nu Eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Aƒetɔwo, nukae le nam be mawɔ, bena makpɔ ɖeɖe mahã? Wogblɔ bena: Xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se, eye mia kple aƒewò me míakpɔ ɖeɖe.
”eye abe alesi Paulo nɔa wɔwɔm ene la, eyi eme ɖe wo gbɔ; eye Sabat etɔ̃ sɔŋ wòɖo dze na wo tso ŋɔŋlɔawo me; eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam. Eye wo dome amea ɖewo xɔe se, eye woku ɖe Paulo kple Sila ŋu kple Helatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la dome ame geɖe, kple nyɔnu ŋkutatɔwo, menye ame ʋeea ɖe o.
”Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.
”Eye esi Paulo le tsitre ɖe Areopago la titina la, egblɔ bena: Mi Ateneŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋuta. Elabena esi metsa le dua me, eye mekpe miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpuia ɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: „Mawu, si womenya o la tɔe.“ Azɔ nusi mienyã o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiãm. Mawu, si wo xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o; eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame, eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe matu, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o: elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“ Azã esi míenye Mawu ƒe dzidzime la, medze bena, míasusu be, mawunyenye la ele abe sika alo klosalo alo kpe, si wodze le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la ene o. Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me; elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.
”Ke Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Apolo, Aleksandriatɔ tso dzodzo me, ŋutsu, si nya nuƒoƒo, eye wòsẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me la, va Efeso. Wofia Aƒetɔ la ƒe ma amesia, eye wònye dzome le gbɔgbɔ la me; eƒoa nu, eye wòtia Yesu ŋutinya pɛpɛpɛ; ke Yohanes ƒe mawutsidedetaname ko wonyã; eye amesia de asi nuƒoƒo me kple kalẽ le ƒuƒoƒe la. Ke esi Akwila kple Priskila woɖo toe la, wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe ma gome fiae kɔte wu tsãtɔ.
”Eye esi wòyi ɖe ƒuƒoƒe la me la, egblɔ nya kple dzideƒo, eye ɣleti etɔ̃ sɔŋ wòle nu ƒom, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu, ale bena woxoe se. Ke esi amea ɖewo ƒe dzime sẽ, eye womeɖo to o hele nya vlowo gblɔm ɖe mɔ la ŋu le ameha ƒe ŋku me la, edzo le wo gbɔ, eye wòɖe nusrɔ̃lawo ɖa tso wo dome, eye wòƒoa nu na wo gbesiagbe le Tirano ƒe nusrɔ̃xɔ la me. Eye wòle esiawɔwɔ dzi ƒe eve sɔŋ, ale bena amesiwo katã le Asia la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, se Aƒetɔ ƒe nya la.
”alesi nyemegbe naneke, si nyo na mi la, takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me, hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa. Eye azɔ, kpɔ ɖa, mele babla le gbɔgbɔa me heyina Yerusalem, eye nyemenya nusiwo le dzinye va ge le afima o; negbe bena Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase nam le du sia du me gblɔ bena, bablawo kple momenuvevewo le lalayem. Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.
”bena nanye eƒe ɖaseɖila hena amewo katã le nusiwo nèkpɔ kple nusiwo nèse la ŋuti.
”Eye le ŋkeke, si dze eyome ƒe zã me la, Aƒetɔ la le tsitre ɖe egbɔ gblɔ bena: Wo dzi nèdze me; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.
”Gake la fɔ, eye natsi tre ɖe wò afɔwo dzi, elabena esia ta meɖe ɖokuinye fia wò ɖo, bena maɖo wò nanye dɔla kple ɖaseɖila le nusiwo nèkpɔ kple nusiwo magaɖe afia wò la ŋuti;
”be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.
”Ke esi mekpɔ xɔxɔ tso Mawu gbɔ vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi la, mele tsitre hele ɖase ɖim na suewo kple gãwo, eye nyemele nu bubua ɖeke gblɔm o, nègbe nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me la koe, bena Kristo lakpe fu, eye bena wòanye gbãtɔ le lãme kukuwo ƒe tsitretsitsi la me, eye wòaɖe gbe ƒã kekeli afia dukɔ la kple trɔ̃subɔlawo siaa.
”Ke Paulo nɔ anyi ƒe blibo eve sɔŋ le ye ŋuta ƒe xɔ, si wòɣe la me; eye wòxɔa amesiwo katã va egbɔ, eye wòle mawufiaɖuƒe la ƒe gbe ƒã ɖem; eye wòle nu fiãm le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti kple dzideƒo ŋutɔ, eye amea ɖeke mexea mɔ nɛ o.
”Gbã la mele akpe dam na Mawunye to Yesu Kristo dzi le mi katã ta bena, wogblɔa miaƒe xɔsenya fiana le xexeme blibo la katã.
”Helatɔwo kple Barbaratɔwo, nunyalawo kple ame manyanuwo katã ƒe fenyila menye. Ale le gonyeme la melɔ̃ bena, magblɔ nyanyuie la afia mi amesiwo le Roma hã. Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.
”Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.
”Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.
”Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo; elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la. Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“ Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la. Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.
”Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã? Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“
”Gake la menye wo katãe ɖoa to nyanyuie lã o; elabena Yesaya gblɔ bena: „Aƒetɔ, amekae xa míaƒe nyagbɔgblɔ dzi se mahã?“
”Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana. Ke megblɔ be: Alo ɖe womesee o mahã? Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeme ƒe seƒewo ke.
”le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.
”Ke amesi ate ŋu ado ŋusẽ mi le nye nyanyuie kple Yesu Kristo ƒe gbeƒãɖeɖe la nu ɖe nya ɣaɣla, si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke la, ƒe ɖeɖefia la nu, esi woɖe ɖe go fia azɔ, eye to nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawome le Mawu mavɔtɔ ƒe sedede la nu, wòna trɔ̃subɔlawo katã nyae hena xɔse ƒe toɖoɖo:
”Elabena Kristo medɔm be, made mawutsi ta na ame o, hafi bena magblɔ nyanyuie la afia boŋ, menye le nya ƒe nunya me o, bena Kristo ƒe atitsoga la nagazu dzodzro o. Elabena atitsoga la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo tsrɔ̃ la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí. Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Magblẽ nunyalawo ƒe nunya dome, eye maɖe gɔmeselawo ƒe gɔmesese ɖa.“
”Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la. Elabena Yudatɔwo biaa dzesiwo, eye Helatɔwo ɖia nunya yome; ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo; ke hena wo amesiwo woyɔ la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, mieɖea gbe ƒã Kristo, si nye Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la. Elabena Mawu ƒe bometsitsi nyaa nu wua amegbetɔwo, eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sẽa ŋu wua amegbetɔwo,
”Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o. Elabena nyemebu bena, menya nane le mia dome o, negbe Yesu Kristo ko, amesi kekeake woklã ɖe atitsoga ŋu la. Eye mena mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me; eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me, bene miaƒe xɔse la naganɔ amewo ƒe nunya me o, hafi nenɔ Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ.
”Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o; ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la, si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. Ke abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpo o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.“
”Ke miawo la Mawu ɖee fia mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi; elabena Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke. Elabena amewo dometɔ kae nya nusi le ame me, ne menye ame ƒe gbɔgbɔ, si le eme la koe oa? Nenema ke amea ɖeke menya nusi le Mawu me la o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ɖeɖekoe. Ke miawo la miexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi Gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la boŋ miexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la. Eye nusiawo miegblɔna hã, eye míetsɔa nya, siwo amewo ƒe nunya fia mi la o, hafi míetsɔa nya, siwo Gbɔgbɔ la fia mí la boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenuwo heɖoa gbɔgbɔmenuwo ŋuti.
”Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme. Ke gbɔgbɔmeme la kpɔa nuwo katã me, ke eya ŋutɔ la amea ɖeke mekpɔa eme o. Elabena ameka dze si Aƒetɔ la ƒe tamesusu, ne wòafia nui mahã? Ke miawo la Kristo ƒe tamesusu le mía si.
”Eye nye hã, nɔviwo, nyemete ŋu ƒo nu kpli mi abe gbɔgbɔmemewo ene o, hafi abe ŋutilãmemewo ene, abe vidzĩewo le Kristo me ene. Mena notsi mi mieno, eye menye nuɖuɖu sesẽ o, elabena miesẽ ŋu haɖe o; eye fifi hã miesẽ ŋu haɖe o,
”Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie. Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ. Ke amesi le nu ɖom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu. Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.
”Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gome anyi abe xɔtula dzeaɖaŋu ene, ke ame bubu tui ɖe edzi. Gake amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui ɖe edzi la. Elabena amea ɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko. Ke ne amea ɖe tso sika, klosalo, kpe xɔasiwo, atiwo, gbe, alo ahɔ̃liti tui ɖe gɔmeɖoɖoanyi sia dzi la, ekema amesiame ƒe dɔwɔwɔ adze ƒã, elabena ŋkeke la aɖee ɖe go afia, elabena woaɖee ɖe go afia to dzo me, eye alesialesi ke amesiame ƒe dɔwɔwɔ le la, dzo la adoe akpa. Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe edzi la, tsi anyi la, axa fetu. Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ afiã la, abui, ke woaxɔ eya ŋutɔ, gake abe amesi to dzo me ene.
”Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!
”Elabena ne mewɔ esia kple lɔlɔ̃nu la, fetu te eme nam; ke ne nyemewɔe kple lɔlɔ̃nu o la, wotsɔ xɔnuvidɔ de asi nam. Azɔ ɖe, nukae nye nye fetua? Eyae nye bena, nye amesi le nyanyuie la gblɔm la, mana fetu naganɔ nyanyuie la ŋuti o, bene nyemagawɔ nye ŋusẽ la ŋuti do le nyanyuie lã ŋuti o.
”Elabena ne menye ɖokuisime, si vo tso amewo katã gbɔ hã la, metsɔ ɖokuinye wo amewo katã ƒe dɔla, bene asinye nasu ame geɖeawo dzi; eye mezu abe Yudatɔ ene hena Yudatɔwo, bena asinye nasu Yudatɔwo dzi; eye mezu abe amesi le sea te ene hena amesiwo le sea te, wònye nye ŋutɔ nyemele sea te hafi o, bene asinye nasu amesiwo le sea te la dzi; mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo, gake la nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ, bene asinye nasu semanɔsitɔwo dzi. Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.
”Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o. Eye nenye ɖe megblẽ nye nuwo katã henyi ame dahewo, eye nenye ɖe metsɔ nye ŋutilã na, bene woafiãm, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne nyemenyo na naneke o.
”Ke, nɔviwo, mena mienya nyanyuie, si megblɔ fia mi, si miexɔ hã, esi me míetsi tre ɖo hã, si me woxɔ mi ɖe agbe le hã, ne mielée ɖe asi, abe alesi metsɔ nyanyuie la gblɔ fia mi ene la; anye ne miexɔ edzi se dzodzo.
”Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ. Azɔ la eɖanye nyee o, eɖanye ame kemewo o, nenema ke míeɖe gbe ƒã, eye nenema ke míexɔe se.
”Wò bometsila, nusi nèƒã la, magbɔ agbe o, negbe ɖeko woaku hafi. Eye nusi nèƒãna la, menye nɔnɔme blibo, si le dzɔdzɔ ge lae nèƒã o, hafi nuku gbɔloa ɖe, eɖanye bli alo nu mamleawo dometɔa ɖe o.
”Ke woada akpe na Mawu, si nana mieɖua dzi ɖaasi le Kristo me, eye wòɖe eƒe sidzedze ƒe ʋeʋẽ lilili la ɖe go fia to mía dzi le afisiafi. Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le amesiwo woxɔna ɖe agbe la kple amesiwo tsrɔ̃na la dome, hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?
”Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.
”Ke ne ku ƒe subɔsubɔdɔ, si le agbalẽŋlɔdzesiwo me, si woŋlɔ ɖe kpewo dzi la, kpɔ ŋutikɔkɔe ale gbegbe bena Israel-viwo mete ŋu lé ŋku ɖe Mose ƒe ŋku me le eƒe ŋku me ŋutikɔkɔe, si nu tsi la ŋuti o la, aleke Gbɔgbɔ ƒe subɔsubɔdɔ manɔ ŋutikɔkɔe me geɖe awu o mahã? Elabena ne ŋutikɔkɔe li na fɔbubu ƒe subɔsubɔdɔ la, ekema dzɔdzɔenyenye ƒe subɔsubɔdɔ gbã go geɖe wu le ŋutikɔkɔe me. Elabena nusi ŋutikɔkɔe li na la hã ŋuti meka o le esia gome be, ekeme ƒe ŋutikɔkɔe ƒo eta sa. Ke ne ŋutikɔkɔe li na nusi nu tsina la, ekema nusi nɔa anyi la, anɔ ŋutikɔkɔe me geɖe awu sã.
”Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mia si ŋuti la, míewɔa dzideƒo geɖe ŋuti dɔ le nuƒoƒo me,
”Ke wo katã tso Mawu gbɔ, amesi lé avu le mía kple eɖokui dome to Yesu Kristo dzi, eye wòna avuléle ƒe subɔsubɔdɔ mí. Elabena Mawu enye amesi nɔ Kristo me lé avu le xexeame kple eɖokui dome, eye mebu woƒe vodadawo na wo o, eye wòtsɔ avulénya la de mia me.
”Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!
”Elabena egblɔ bena: „Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.“ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!
”Miena nuɖiaɖiaa ɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o,
”Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve.
”Ke esia gblɔm mele bena, amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.
”Ke amesi tsoa nuku kple abolo hã kea nuƒãla, bene wòakpɔ nuɖuɖu la, ana nuku mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse natsi nyuie,
”bene míagblɔ nyanyuie la afia le anyigba, siwo le mia godo la hã dzi, bene míagaƒo adegbe le ame bubuwo ƒe dɔwɔƒe le nusi wowɔ vɔ xoxo la ŋuti o.
”Alo ɖe esi mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, bene woado miawo ɖe dzi la, ɖe mewɔ nuvɔ̃ bena, megblɔ Mawu ƒe nyanyuie la fia mi fetu maxɔmaxɔe mahã?
”Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyuie la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu! Abe alesi míegblɔ tsã la, magagblɔe fifi hã bena, ne amea ɖe gblɔ nyanyuie la bubui fia mi ɖe esi miexɔ teƒe la, nezu busu!
”Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o. Ke mana mianyae, nɔviwo, bena nyanyuie, si megblɔ fia mi ta, menye amewo to wonye o.
”Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.
”Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.
”Eye wòva gblɔ ŋutifafa ƒe nyanyuie la fia mi amesiwo le adzɔge kple amesiwo le kpuiƒe la.
”Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo, bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu, halase esime mí katã miade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ, bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,
”eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.
”kple nye hã lanye, bena ne meke nu la, woatsɔ nya nam, bene makpe dzideƒo ana woanya nyanyuie la ƒe nya ɣaɣla, esi ŋuti menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔ me, bene dzi nado ƒonye le eme, abe alesi wòdzem be, maƒo nu ene.
”eye nɔviwo dome ame geɖeawo ɖo ŋu ɖe nye bablawo ŋu le Aƒetɔ la me, eye wowɔa kalẽ geɖe wu tsã le mawunyagbɔgblɔ me mavɔ̃mavɔ̃e. Hafi amea ɖewo ɖea gbe ƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ŋuti; ke amea ɖewo hã ɖea gbe ƒãe le tameɖoɖo nyui ŋuti: Amesiawo gblɔnɛ tso lɔlɔ̃ me; elabena wonyae be, nyanyuie la taʋiʋli ŋuti mele afisia ɖo. Ame kemeawo gblɔa Kristo fiana tso dzrewɔwɔ me, menye tso dzadzɛnyenye me o; elabena wosusuna be, yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye bablawo ŋuti. Ekema nukae ma? Ne wowɔe le mo sia mɔ dzi, eɖanye le alakpa alo nyateƒe me o, nenye Kristo koe wogblɔna fiana la, dzi le dzɔyem le esia ŋuti. Ẽ, dzi agadzɔm hã;
”nenye bena, mienɔ xɔse me, abe amesiwo gɔme wodo anyi, eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te, esi ƒe subɔla nye Paulo mezu la me o. Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta, esi ƒe subɔla mezu le Mawu ƒe xɔnuvinyenye, si wonam le mia ta la nu, bena mawu mawunya ƒe do la nu: Nya ɣaɣla, si woɣla ɖi tso ŋɔli mavɔwo kple dzidzimewo me ke; ke azɔ la eɖee fia eƒe ame kɔkɔewo, amesiwo Mawu ɖi be, yeana woanya nusi nye nya ɣaɣla sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnyenye le trɔ̃subɔlawo dome, si nye Kristo le mia me, amesi nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ, amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:
”esi mienya bena, miaxɔ domenyinyi ƒe teƒeɖoɖo tso Aƒetɔ gbɔ la. Miesubɔ Aƒetɔ Kristo!
”eye mido gbe ɖa ɖe miawo hã mía ta, bene Mawu naʋu nya la ƒe ʋɔtru na mí, ne míagblɔ Kristo ƒe nya ɣaɣla, si ŋuti woblam ɖo hã, bene maɖe esia ɖe go afia, abe alesi wòdzem be, maƒo nu la ene. Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo. Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.
”elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene. Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,
”ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me. Elabena míaƒe nuxɔxlɔ̃ metso beble alo makɔmakɔnyenye me o, eye mele alakpadada me o, ke boŋ abe alesi Mawu kpo mí míedze bena, wòtso nyanyuie la de asi na mí ene la, nenema ke míegblɔnɛ; menye abe amesiwo dzea amewo ŋu ene o, ke boŋ abe amesiwo dzea Mawu, si dzroa míaƒe dziwo me kpɔna la ŋu ene. Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila! Eye miedi bubu tso amewo gbɔ hã o, eɖanye miawo alo ame bubuwo gbɔ o, wònye míate ŋu aɖo ame mía ɖokui abe Kristo ƒe apostolowo ene hafi, ke miefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene, nenema ke esi mielɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo. Elabena, nɔviwo, mieɖo ŋku míaƒe agbagbadzedze kple kutrikuku dzi: Zã kple keli miewɔ dɔ, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o, eye ale míegblɔ Mawu ƒe nya la fia mi.
”ne ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye woawo nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi; elabena miexɔ míaƒe ɖaseɖiɖi dzi se.
”nusi gbɔ woyɔ mi ve to míaƒe nyanyuie la me, bene mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la nasu mia si. Eyata azɔ, nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe, eye milé nuɖoanyi, si wofia mi, eɖanye to nya alo to míaƒe agbalẽ me o la, ɖe asi.
”Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, eye nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖaseɖila geɖewo ƒe ŋku me la dzi.
”Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu, amesi ɖe mí, eye wotsɔ yɔyɔ kɔkɔe yɔ mí; menye le míaƒe dɔwɔwɔwo nu o, ke boŋ le ye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoɖi kple amenuveve la nu, si wòtsɔ na mi le Kristo Yesu me, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme. Ke azɔ la woɖee fia to mía xɔla Kristo Yesu ƒe dodo me, amesi ɖe ku ɖa, eye wòhe agbe kple magblẽmagblẽ ɖe go va kekeli nu to nyanyuie la me, esi nu woɖom menye gbeƒãɖela kple apostolo kpakple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala, nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.
”eye nusiwo nèse tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome la, nu mawo ke natsɔ ade asi na ame wɔnuteƒewo, amesiwo ate ŋu afia nu ame bubuwo hã.
”Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi. Nyateƒenya wònye: Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplim, ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;
”Ɖo ŋu nusiawo na wo, eye naɖi ɖase na wo le Aƒetɔ la ŋku me, bene womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖea ɖeke mele o la o, ke boŋ woblua nyaselawo ƒe tame. Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene. Ke si le dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo nu; elabena woayi dzi geɖe wu le mawumavɔ̃mavɔ̃ me,
”Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me. Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ. Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.
”Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me.
”Elabena Mawu ƒe amenuveve la ɖe eɖokui fia hetso xoxo vɛ na amewo katã,
”bene wò nuteƒewɔwɔ ƒe hadede nasẽ ŋu hena Kristo Yesu to nu nyui sia nu nyui, si le mía me la sidzedze me? Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta. Eyata wònye dzideƒo geɖe le asinye le Kristo me be, made se na wò le nusi dze la ŋuti hafi, gake le lɔlɔ̃ ta la mele nu xlɔ̃m wò boŋ.
”Eyata esi eƒe dzudzɔ me yiyi ŋugbedodo gali na mi ŋutilã, minɛ miavɔ̃, bene woagakpɔ mía dome amea ɖeke be, etsi eŋuti o Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o. Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi.
”Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la; eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!
”Eyata migatsɔ miaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la, ƒu gbe o.
”Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.
”Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.
”Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.
”Nɔvinyewo, ne mia dome amea de tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye amea de gatrɔe vɛ la, nena woanyae bena, amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.
”Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.
”Elabena wogbugbɔ mi dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si noa anyi tegbetegbe la me. Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna; ke Aƒetɔ ƒe nya la noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.“ Ke esiae nye nya, si wogblɔ fia mi.
”eye abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xoxo la, ne mieɖɔe kpɔ bena, Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ.
”Azɔ mi amesiwo xɔe se la, enye kpe xɔasi na mi; ke dzimaxɔsetɔwo la, kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke zu dzogoedzikpe kple nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa na wo, amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.
”Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,
”ke boŋ mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nyaa ɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ, esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.
”Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo.
”Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.
”Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.
”Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso. Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.
”Míawo la Mawu me mietso, eye amesi dze si Mawu la, ɖoa to mi; amesi metso Mawu me o la, meɖoa to mi o. Esia me míedze si nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ le.
”Ne míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖi la, ekema Mawu ƒe ɖaseɖiɖi la lolo wu; elabena Mawu ƒe ɖaseɖiɖi enye esia bena, eɖi ɖase le Via ŋuti. Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o. Eye ɖaseɖiɖi la enye si bena, Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe sia le Via me.
”amesi ɖi ɖase le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti, abe alesi wòkpɔ nuawo katãe ene.
”Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.
”eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!
”Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me. Amesiawo nye amiti eve kple akaɖiti eve, siwo le tsitre ɖe anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋku me la. Eye ne amea ɖe ɖi be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke. Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.
”Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si ɖo tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo. Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le. Eye dukɔwo ƒe ƒomeawo kple gbegbɔgblɔwo kpakple trɔ̃subɔlawo dometɔa ɖewo lakpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womaɖe mɔ be, woaɖi woƒe ŋutilã kukuawo o. Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi. Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi.
”Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.
”Eye dzi ku ŋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo ɖea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.
”Eye womekpɔ aʋatsokakaa ɖeke le woƒe nu me o; elabena wonye mokaka manɔŋutɔwo.
”Nusiawo megbe la mese gbe gãa ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ;
”Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo. Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.
”Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.
”Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.
”