26 – Dziɖuɖu

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Dziɖuɖu.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Fiawo II 21:16

Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi, vaseɖe esime wona Yerusalem yɔ tso go ɖeka me vaseɖe go keme me hekpe ɖe eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Yuda wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me la ŋuti.

Psalmowo 2:1-4

Nukaŋuti dukɔwo le nyanyrãm, eye anyigba dzi dukɔwo le tame bum dzodzro? Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu. Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu! Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.

Nyaɖeɖefia 11:15-18

Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nenɔ anyi; elabena exɔ wò ŋusẽ gã, eye neɖu fia. Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 419 kpukpuiwo

Mose I 2:7

Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.

Mose I 9:6

Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.

Mose I 10:32

Esia nye Noa viŋutsuwo ƒe ƒomewo le woƒe dzidzimewo kple woƒe dukɔwo nu, eye woawo me anyigba dzi dukɔwo dzɔ tso le tsiɖɔɖɔ la megbe.

Mose I 11:1-9

Ke gbe ɖeka kple nuƒoƒo ɖeka ŋugbe le amegbetɔwo katã nu. Eye wòva me bena, esi wodze mo ɖo ta ɣedzeƒe gome la, wokpɔ gbadzaƒea ɖe le Sinear-nyigba dzi, eye wonɔ afima. Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míamè anyikpe, eye míaƒo dzoe! Ale anyikpe zu xɔtukpe na wo, eye aŋɔ le akaloba teƒe na wo. Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o! Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa. Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ ɖeka wonye, eye gbe ɖeka le wo katã nu, eye esia nye woƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ko; azɔ nusianu, si dim wole be, woawɔ la, womado kpoe o. Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o! Eye Yehowa na bena, wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi, eye wodzudzɔ ɖu la tsotso. Eyata woyɔnɛ bena Babel, le esi Yehowa tɔtɔ amegbetɔwo katã ƒe gbe le afima, eye Yehowa na wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi ta.

Mose I 12:2

Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.

Mose I 35:11

Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò.

Mose I 41:40-44

Eyata wòe anɔ nye aƒe nu, eye nye dukɔ la katã aɖo to wò nyawo; negbe fiazikpui la ko matsɔ awu wò. Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Kpɔ ɖa, meɖo wò Egipte-nyigba blibo la nu. Eye Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ do na Yosef, eye wòdo aklalabiɖibiɖiwu nɛ, eyome wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ. Emegbe la ena wòɖo tasiaɖam evelia, si kplɔ fia tɔ ɖo la, eye kpodolawo le eŋgɔ le gbɔgblɔm bena: Midze klo, midze klo! Ale wòɖoe Egipte-nyigba la katã nu. Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Nye enye Farao, ke ne wòa melɔ̃ o la, amea ɖeke mate ŋu akɔ eƒe asi alo afɔ dzi le Egipte-nyigba blibo la dzi o.

Mose II 7:10-13

Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Aron tsɔ eƒe atikplɔ da ɖe Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, eye wòtrɔ zu da gãa ɖe. Ke Farao hã yɔ nunyalawo kple afakalawo vɛ, eye Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenemake. Wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe atikplɔ ɖa ɖe anyi, tete wotrɔ zu da gãwo; ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi. Gake Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.

Mose II 11:4-8

Eye Mose gblɔ be: Ale Yehowa gblɔ esi. Le zã titina la mele Egipte-nyigba me to ge ayi, eye ŋgɔgbeviwo katã aku le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si ava no eƒe zi dzi la dzi vaseɖe kosi, si le teƒo, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi. Eye nublanuiɣli aɖi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi, esi tɔgbe meva kpɔ o, eye magava hã akpa o. Ke avũ mawo ɖe ame alo lã ŋu le Israel-viwo katã dome o, bena mianyae be, Yehowa de vovo Egiptetɔwo kple Israel-viwo dome. Emegbe ŋutiwò me siawo katã ava gbɔnye, eye woade ta agu nam agblɔ bena: Wò ŋutɔ kple amesiwo katã le ŋuwò la, miyi! Emegbe hafi madzo Eye wòdzo le Farao gbɔ kple dziku gã ŋutɔ.

Mose II 12:29-30

Le zã titina la Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si le eƒe zi dzi la dzi vaseɖe gatɔ, si le gaxɔ me la, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi. Tete Farao kple eŋu mewo kpakple Egiptetɔwo katã fɔ le zã titina, eye avifafa de dzi le Egipte-nyigba dzi hoo, elabena aƒea ɖeke meli, si me ame meku le o.

Mose II 15:18

Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe.

Mose II 18:19-22

Eyata ɖo to nye gbe, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu akpe ɖe ŋuwò. Na dukɔ la nu le Mawu gbɔ, eye natso woƒe nyawo aɖo Mawu ŋku me. Ɖe seawo kple ɖoɖoawo me na wo, eye nafia mɔ, si woato kple nusi woawo la wo. Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu, bena woadrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko woatso va gbɔwò; ke nya kpotokpotoewo la woa ŋutɔwo nadrɔ̃e. Ale naɖe agba le ɖokuiwò dzi, eye woaxɔ na wò.

Mose II 18:25-26

Eye Mose tia ŋutsu zãzɛwo le Israel-viwo dome heɖo amegãwoe ɖe dukɔ la nu. Ɖewo de ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu. Eye wodrɔ̃a ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko wotsɔna vaa Mose gbɔe, ke nya kpotokpotoewo katã la woawo ŋutɔ drɔ̃nɛ.

Mose II 19:6-7

Eye mianye; nunɔlawo ƒe fiaduƒe kple dukɔ kɔkɔe nam! Esiawo nye nya, siwo nagblɔ na Israel-viwo. Eye Mose yi ɖayɔ dukɔ la ƒe ame tsitsiawo hegblɔ nya, siwo katã Yehowa de esi la, na wo.

Mose II 22:28

Megado ɖiŋu na Mawu o, eye megaƒo ti de wò dukɔ la ƒe amegãwo o.

Mose III 18:24-28

Migawɔ nusiawo atsɔ ado ŋunyɔ mia ɖokui o, elabena trɔ̃subɔla, siwo nyã ge mala le mia ŋgɔ la, wɔ nusiawo heɖo ŋunyɔ wo ɖokui, eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe. Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo kple seawo ŋu, eye migawɔ ŋunyɔnu siawo dometɔa ɖeke o, eɖanye duamevi alo amedzrovi, si le mia dome la o; elabena anyigbadzitɔ, siwo nɔ mia ŋgɔ la, wɔ ŋunyɔnu siawo katã, eye anyigba la gblẽ; ne anyigba la nagatu miawo hã aƒu gbe, le esi miegblẽe ta, abe alesi wòtu dukɔ, si nɔ mia ŋgɔ la, ƒu gbe ene o.

Mose III 20:22-24

Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, bena anyigba, si dzi mekplɔ mi yinae, be miana edzi la, nagatu mi aƒu gbe o. Migawɔ dukɔ, si nyã ge mala le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o; elabena nusiawo katã wowɔ, eyata wonyã ŋu nam. Eye megblɔ na mi bena: Mixɔ woƒe anyigba la wòanye mia tɔ, eye matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, ana mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si tia mi tso dukɔwo dome.

Mose III 26:46

Esiawo nye ɖoɖowo, sewo kple mɔnufiamewo, siwo Yehowa ɖo eya ŋuta kple Israel-viwo dome, eye wòde asi na Mose le Sinai-to la dzi.

Mose V 17:14-17

Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, eye nèxɔe wònye tɔwo nètso aƒe ɖe edzi, emegbe dagblɔ bena: Maɖo fia ɖe ɖokuinye nu abe dukɔ, siwo katã ƒo xlãm ene la, ekema naɖo fia, si Yehowa, wò Mawu, atia la, ɖe ɖokuiwò nu; natsɔ nɔviwòwo dometɔ ɖeka aɖo fia ɖe ɖokuiwò nu; mèkpɔ mɔ aɖo du bubu me tɔ, si menye nɔviwò o la, ɖe ɖokuiwò nu o. Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o. Fia nagaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatre mɔ o, eye klosalo kple sika geɖe akpa hã meganɔ esi o.

Mose V 17:18-20

Eye ne eva fiazi dzi la, wòana Lewitɔwo, siwo nye nunɔlawo la, nagbugbɔ se sia aŋlɔ nɛ ɖe agbalẽ me. Eye wòanɔ esi wòaxlẽ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé se kple ɖoɖo siawo katã me nyawo me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi, ne megado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le se la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o, ne eya kple viaŋutsuwo nanɔ zi la dzi eteƒe nadidi le Israel dome.

Mose V 32:8

Esi dziƒoʋitɔ ma anyigba na dukɔwo, eye wòkaka ame gbetɔviwo me la, eɖo liƒo na dukɔwo, ɖe alesi Israel-viwo sɔ gbɔe nu.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:22-23

Tete Israeltɔwo gblɔ na Gideon bena: Wò ŋutɔ kple viwòŋutsu kpakple viwòŋutsu ƒe vi miɖu fia ɖe mía dzi, elabena wòe ɖe mí tso Midiantɔwo si me! Gideon ɖo ŋu na wo bena: Nye ŋutɔ alo vinyeŋutsu míaɖu fia ɖe mia dzi o, ke boŋ Yehowa neɖu fía ɖe mia dzi!

Ʋɔnudrɔ̃lawo 17:6

Ɣemaɣi la fíaa ɖeke mena Israel o, eye amesiaame wɔ nusi dze eŋu.

Samuel I 8:1-3

Eye wova me, esime Samuel tsi la, etsɔ viaŋutsuwo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe Israel nu. Viaŋutsu ŋgɔgbea ŋkɔ nye Yoel, evelia ŋkɔ nye Abia, woawoe nye ʋɔnudrɔ̃lawo le Beerseba. Ke viaŋutsuwo meto eƒe ʋe me o, eye wodi viɖe yome, woxɔ zãnu, eye wòtrɔ gbɔ ʋɔnudɔdrɔ̃.

Samuel I 8:6-7

Ke nya la medze Samuel ŋu o, esi wogblɔ be: Ɖo fia na mi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu na mi! Eye Samuel ɖo gbe ɖa na Yehowa. Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.

Samuel I 8:9-18

Eyata do to woƒe gbe; ɖeko naxlɔ̃ nu wo, eye nato fia, si le wo dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo na wo! Tete Samuel gblɔ Yehowa ƒe nyawo katã na dukɔ, si le fia biam le egbɔ, hegblɔ bena: Fia, si le mia dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo enye si: Axɔ mia viŋutsuwo, eye wòatsɔ wo aɖo eƒe tasiaɖam kple eƒe sɔɖolawo nu, ne woanɔ du ƒum le eƒe tasiaɖam ŋgɔ. Atsɔ wo ado amegãwo ɖe ame akpe kple ame blaatɔ̃ nu na eɖokui, woaŋlɔ agble nɛ, eye woaŋe nu nɛ, woatu aʋawɔnuwo ne, eye woawɔ tasiaɖam ŋu nuwo nɛ. Atsɔ mia vinyɔnuwo awɔ amitɔlawo, nuɖalawo kple aboloƒolawoe. Eye woaxɔ agble, weingble kple amitibɔ nyuitɔwo le mia si atsɔ na eƒe dɔlawo. Axɔ agblemenu kple weingblemenu fe ewolia le mia si na eƒe aƒe dzikpɔlawo kple dɔlawo. Axɔ miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kple miaƒe ɖekakpui zãzɛwo kpakple miaƒe tedziwo, ne woawɔ dɔ nɛ. Axɔ miaƒe alẽwo ƒe ewolia, eye mianye dɔlawo nɛ. Gbemagbe míado ɣli le fia, si mieha la ta; ke Yehowa mado to mi o.

Samuel I 8:19-20

Gake dukɔ la gbe toɖoɖo Samuel hegblɔ bena: Gbeɖe, ke boŋ fia nenɔ mía nu, ne miawo hã mianɔ abe dukɔwo katã ene! Míaƒe fia nadrɔ̃ ʋɔnu na mí, eye wòadze mía ŋgɔ awɔ aʋa na mí!

Samuel I 9:17

Esi Samuel kpɔ Saul la, Yehowa gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, si ŋu nya megblɔ na wò la, enye si; eyae aɖu fia ɖe nye dukɔ nu.

Samuel I 10:1

Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?

Samuel I 10:19

Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!

Samuel I 10:24-25

Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe! Azɔ Samuel gblɔ fiaɖuɖu ƒe kɔnuwo na dukɔ la, eye woŋlɔ wo ɖe agbalẽ me hetsɔ da ɖe Yehowa ŋku me. Emegbe Samuel ɖe asi le dukɔ blibo la ŋu, amesiame yi aƒe.

Samuel I 10:26-27

Eye Saul hã yi aƒe le Gibea, eye kalẽtɔ, siwo ƒe dzi Mawu ʋã la, yi kplii. Ke ame vloa ɖewo gblɔ bena: Amesia hãe aɖe mía? Wodo vloe, eye wometsɔ nunanaa ɖeke vɛ nɛ o. Gake esee, abe ɖe mesee o ene.

Samuel I 11:6-7

Esi Saul se nya siawo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye dzi kui vevie ŋutɔ. Enumake wòlé nyi eve heɖi, eye wòtsɔ wo ɖe amewo si ɖo ɖe Israel-nyigba blibo la dzi gblɔ bena: Ale woawɔ amesi metso dze Saul kple Samuel yome o la, ƒe nyiwo enye si! Tete Yehowa ƒe ŋɔdzi lé dukɔ la, eye woho zi ɖeka.

Samuel I 11:12

Emegbe dukɔ la gblɔ na Samuel bena: Amekawo gblɔ be: Saul hãe aɖu fia ɖe mía dzia? Mikplɔ ameawo de asi, ne míawu!

Samuel I 11:15

Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, woɖo fia Saul le afima le Yehowa ŋku me le Gilgal, eye wosa akpedavɔ le afima le Yehowa ŋku me. Eye Saul kple Israel-ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le afima.

Samuel I 12:12-15

Ke esi miekpɔ be, Amon-viwo ƒe fia Nabas ho ɖe nua ŋu la, miegblɔ nam bena: Ɖabi, fia boŋ neɖu mia dzi! Evɔ wònye Yehowae nye mia Mawu kple miaƒe fia hafi Azɔ miaƒe fia, si mietia, eye miebia la, enye si! Kpɔ ɖa. Yehowa ɖo haɖe mia nu. Ne mieva Yehowa, eye míesubɔe, mieɖo to eƒe gbe, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu o, eve mia kple miaƒe tia, si le mia dzi ɖu ge, miadze Yehowa, mia Mawu la yome la, ekema aɖe mi. Ke ne mieɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu la, ekema Yehowa ƒe asi ava mia dzi, abe alesi wòva mia fofowo dzi ene.

Samuel I 12:19-20

Eye dukɔ blibo la gblɔ na Samuel bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe wò dɔlawo ta, ne míagaku o! Elabena miewɔ nu vlo hetsɔ ƒu míaƒe nuvowo katã dzi be, miebia fia. Eye Samuel gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o! Mienyã wɔ nu vlo siawo katã hafi, gake ɖeko migate ɖa le Yehowa ŋu o, eye misubɔ Yehowa tso miaƒe dzi blibo me!

Samuel I 12:25

Ke ne miewɔ nu vlo la, ekema atsrɔ̃ mia kple miaƒe fia siaa ɖa.

Samuel I 13:8-14

Eye wolala ŋkeke adre, si Samuel ɖo; ke Samuel meva Gilgal o. Tete dukɔ la kaka le eŋu. Eye Saul gblɔ bena: Mihe numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ! Eye wosa numevɔ. Esi wosa numevɔ vɔ la, tete Samuel do, eye Saul yi ɖakpee, be yeado gbe nɛ. Ke Samuel gblɔ bena: Nuka nèwɔ? Saul ɖo ŋu bena: Esi mekpɔ be, dukɔ la kaka le ŋunye, wò hã mèva le ɣeyiɣi la dzi o, eye Filistitɔwo va kpe ta ɖe Mixmas la, tete mebu be, Filistitɔwo le gbɔnye va ge le Gilgal, evɔ nyemekpɔ ƒo koko na Yehowa haɖe o; eyata mezi ɖokuinye dzi hesa numevɔ. Samuel gblɔ na Saul bena: Ewo bometsinu! Ɖe wònye ɖe nèlé Yehowa, wò Mawu ƒe se, si wòde na wò me ɖe asi la, anye ne Yehowa ana wò fiaɖuɖu nali ke ɖe Israel tegbee. Ke azɔ wò fiaɖuɖu mali ke o. Yehowa ɖi ŋutsu bubu, si dze eŋu, na eɖokui, eye Yehowa tsɔe ɖo fia ɖe eƒe dukɔ nu; elabena melé se, si Yehowa de na wò la me ɖe asi o.

Samuel I 15:22-23

Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o.

Samuel I 15:24-26

Saul gblɔ na Samuel bena: Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se kple wò nyawo dzi; elabena ɖe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo. Eyata tso nye nuvɔ̃wo kem, eye nagbugbɔ kplim, ne made ta agu ɖe Yehowa ŋku me! Samuel gblɔ na Saul bena; Nyemagbugbɔ kpli wò o; elabena ègbe Yehowa ƒe gbe, eye Yehowa hã gbe wò be, magaɖu fia ɖe Israel nu o.

Samuel I 16:13

Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.

Samuel I 24:5-8

Ke esi Dawid wòe vɔ la, eƒe dzi lã kpò, le esi wòlã Saul ƒe awu ʋlaya nu la ta. Eye wògblɔ na eƒe amewo bena: Neɖe megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawo nusia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu ahade asi eŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye. Ke Dawid gbe nya na eƒe amewo, eye mena ma be, wòadze Saul dzi o; eye Saul tsi tre tso agado la me helé eƒe mo. Emegbe Dawid tso hedo le agado la me, eye wòdo ɣli ɖe Saul yome gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia! Eye Saul nyẽ kɔ, tete Dawid de ta agu, eye wòbɔbɔ.

Samuel I 24:20-22

Ke kpɔ ɖa, menyae be, èle fia zu ge, eye Israel-fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò. Eyata ta Yehowa nam be, matsrɔ̃ megbenye viwo o, eye màtsrɔ̃ nye ŋkɔ ɖa le fofonye ƒe me o! Tete Dawid ka atam na Saul; eye Saul yi aƒe, ke Dawid kple eƒe amewo yi mɔ̃ me le to la dzi.

Samuel I 26:9-12

Ke Dawid gblɔ na Abisai bena: Megawui o: elabena ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa? Dawid gagblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke aɖe woaku, alo wòayi aʋa woawui o fi! Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu! Eyata tsɔ akplɔ, si le eƒe tade, kple tsize la, ne miadzo! Tete Dawid tso akplɔa kple tsize la le Saul ƒe tade eye wodzo: ke amea ɖeke mekpɔe o, amea ɖeke menyae o, eye amea ɖeke menyɔ o; ke boŋ wo katã wodɔ alɔ̃, elabena Yehowae na wodo alɔ̃ ku bliblibli.

Samuel II 1:14-16

Tete Dawid gblɔ nɛ bena: Nuka? Mèvɔ̃ be, nado wò asi ɖa awu Yehowa ƒe amesiamina la oa? Eye Dawid yɔ ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Te va, ne nada nui aƒu anyi! Eye wòda nui woku. Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Wò ʋu anɔ wò ta dzi! Elabena wò ŋutɔ wò nue ɖi ɖase le ɖokuiwò ŋu gblɔ bena: Mewu Yehowa ƒe amesiamina la.

Samuel II 2:4

Tete Yuda-ŋutsuwo va, eye wosi ami na Dawid le afima, ne woaɖu fia ɖe Yuda ƒe aƒe la dzi. Eye wova gblɔ na Dawid bena: Yabes-Gileadtɔwoe nye amesiwo ɖi Saul.

Samuel II 7:12-17

Ne wò azã de, eye nèmlɔ fofowòwo gbɔ la, ekema maɖo viwò, si ɖo tso wò ali me la, ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke. Eya natu xɔ na nye ŋkɔ, eye maɖo eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui te dzi ɖaa. Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene. Gake nye amenuveve madzo le egbo, abe alesi mena wodzo le Saul, amesi meɖe ɖa le ŋkuwò me la gbɔ ene o. Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee. Eye Natan ƒo nu kple Dawid ɖe nya siawo katã kple ŋutega sia nu pɛpɛpɛ.

Samuel II 8:15

Ale Dawid ɖu fia de Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le Dawid si me hena Israel blibo la.

Samuel II 23:3

Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,

Fiawo I 1:23

Tete woyi ɖa gblɔe na fia la bena: Kpɔ ɖa, nyagblɔɖila Natan enye si. Eye wòva fia la gbɔ hede la agu ɖe fia la ŋku me.

Fiawo I 1:39-40

Eye nunɔla Zadok tsɔ lãdzo, si me ami le la, tso agbadɔ la me hesi ami na Salomo, eye woku kpẽ; tete dukɔ blibo la do ɣli bena. Fia Salomo nenɔ agbe! Emegbe dukɔ blibo la kplɔe ɖo, eye dukɔ la ku dzewo hekpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o, eye woƒe ɣli na be, anyigba ʋuʋu.

Fiawo I 3:3-4

Eye Salomo lɔ Yehowa hezɔ le fofoa Dawid ƒe ɖoɖowo nu; ke esa vɔ, eye wòdo dzudzɔ le nuxeƒewo. Eye fia la yi Gibeon, be yeasa vo le afima, elabena eya nye nuxeƒe vevitɔ; Salomo sa numevɔ akpe ɖeka le vɔsamlekpui ma dzi.

Fiawo I 3:5-14

Tete Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃eƒe le zã me le Gibeon, eye Mawu gblɔ nɛ bena: Bia nusi mana wò. Salomo ɖo ŋu bena: Eve wò dɔla, fofonye Dawid nu ŋutɔ, elabena ezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye kpakple dzi dzadzɛ me, eye nèdzra amenuveve gã sia ɖo nɛ, be nèna viŋutsu, amesi le eƒe fiazikpui la dzi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Azɔ Yehowa, nye Mawu, etsɔ wò dɔla ɖo fiae ɖe fofonye Dawid teƒe, ke ɖevi sue menye, eye nyemenya alesi madoe alo gbɔe o! Eye wò dɔla le dukɔ, si nètia la dome, dukɔ, si keke ta, eye wòsɔ gbɔ, ale be womate ŋu abui alo axlẽe o. Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia? Nya sia dze Aƒetɔ la ŋu, be Salomo bia nusia. Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Esi nèbia nusia, eye mebia be, nanɔ agbe didie o, mebia kesinɔnu o, eye mèbia wò futɔwo ƒe ku o, ke boŋ nèbia nunya, be naŋɔ ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, kpɔ ɖa, mewo abe alesi negblɔ ene, eye metsɔ dzi nyanu, si sea nu gome la, na wò, ale be towò tɔgbea ɖeke menɔ ŋgɔwò va yi o, eye tɔwò tɔgbea ɖeke madzɔ le megbewò o. Eye nusi mèbia o hã la, metsɔe na wò, kesinɔnu kple bubu siaa, ale be tɔwò tɔgbea ɖeke manɔ fiawo dome le wò agbe me ŋkekewo katã me o. Ne èzɔ nye mowo dzi helé nye ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi, abe alesi fofowò Dawid zɔe ene la, ekema mana wò agbeŋkekewo nadidi.

Fiawo I 8:22-23

Eye Salomo te ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel-ameha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo do ɖe dziƒo gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mele abe wò ene le dziƒo afime kple anyigba dzi afi o; èdzra nubabla kple amenuveve ɖo na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple woƒe dzi blibo.

Fiawo I 10:23

Eye Salomo ɖo kpo ɖe anyigba dzi fiawo katã dzi le kesinɔnu kple nunya gome.

Fiawo I 11:1-8

Ke fia Salomo lɔ̃ dutanyɔnu geɖewo, siwo tso Moab, Amon, Edom, Zidon kple Xet hekpe ɖe Farao-vinyɔnu la ŋu. Dukɔ, tsiwo ŋu Yehowa gblɔ la na Israel-viwo bena: Migaɖe wo dome o, eye woawo hã megava mia dome o, elabena woava trɔ miaƒe dziwo ɖe woƒe mawuwo ŋu la, ŋuti Salomo ku ɖo, eye wòlɔ wo. Esrɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi. Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o. Salomo dze Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Milkom, si nye Amonitɔwo ƒe ŋunyɔnu la yome. Salomo wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye medze Yehowa yome blibo abe fofoa Dawid ene o. Ɣemaɣi Salomo tu nuxeƒe na Kemos, si nye Moabtɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Molex, si nye Amon-viwo ƒe ŋunyɔnu, ɖe to dzi le Yerusalem ŋgɔ. Alea wòwɔe na srɔ̃a, siwo katã tso anyigba bubuwo dzi, amesiwo do dzudzɔ, eye wosa vɔ na woƒe mawuwo.

Fiawo I 11:9-11

Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Salomo ŋu, elabena eƒe dzi trɔ ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, amesi ɖe eɖokui fiae zi eve, eye wòde se nɛ le nusia ŋu be, megadze mawu bubuwo yome o; ke mewo se, si Yehowa de la dzi o. Eye Yehowa gblɔ na Salomo bena: Esi nusia tɔgbe le ta me na wò, eye mèlé nye nubabla kple nye ɖoɖo, siwo megblɔ na wò la me ɖe asi o la, eyata maɖu fiaɖuƒe la le asiwò ahatsɔ na wò ɖɔla.

Fiawo I 12:12-14

Esi Yerobeam kple dukɔ blibo la va Rexabeam gbɔ le ŋkeke etɔ̃agbe, abe alesi fia la gblɔ bena: miva gbɔnye le ŋkeke etɔ̃agbe ene la, tete fia la he adãnya kple dukɔ la, eye wògbe ame tsitsiawo ƒe adaŋu, si wode ne la. Eye wòƒo nu kpli wo le ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu bena: Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe, ke nye la mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi; fofonye ƒo mi kple atam, ke nye la maƒo mi kple dziɖegbe.

Fiawo I 12:31-32

Etu nuxeƒexɔwo, eye wòtsɔ dukɔ la ƒe amesiame ƒomevi, si metso Lewi-viwo dome o la, ɖo nunɔlae. Eye Yerobeam ɖo ŋkekenyuie anyi ɖe dzinu enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe alesi wo dua ŋkekenyuie le Yuda ene, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Alea wòwɔ le Betel hã, eye wosa vɔ na nyivi, siwo wòwɔ, eye wòɖo amesiwo wòtsɔ ɖo nuxeƒe ƒe nunɔlawoe la, ɖe Betel.

Fiawo I 13:4-5

Eye wòva me, esi fia la se Mawu ƒe ame la ƒe nya, si wògblɔ ɖe vɔsamlekpuia ŋuti le Betel la, Yerobeam do asi ɖa tso vɔsamlekpuia dzi gblɔ bena: Milée! Tete eƒe asi, si wòdo ɖe egbɔ la, dze ti, eye mete ŋu gabii ɖe akɔ me o. Vɔsamlekpui la fe, eye afi la dudu tso vɔsamlekpui la dzi le Mawu ƒe ame ƒe dzesi, si wògblɔ ɖi la nu ɖe Yehowa ƒe nya la nu.

Fiawo I 13:33-34

Le nya siawo megbe la Yerobeam metrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o, ke boŋ eɖo dukɔ la ƒe; amesiame ƒomevi nuxeƒenunɔlae; eye amesi nya lɔ ko la, eɖonɛ wòzua nuxeƒenunɔla. Nusia zu nuvɔ̃ na Yerobeam ƒe aƒe la, esi na be, wògblɔe, eye wotsɔe ɖa le anyigba dzi.

Fiawo I 14:9-10

èwɔ nu gbegblẽ wu amesiwo katã nɔ ŋgɔ na wò, eye nèɖawɔ mawu bubuwo, eye nèkɔ legbawo, be natsɔ aɖo dɔmedzoe nam, ke netsɔ nye nya ƒu gbe ɖe megbewò la, eyata kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yerobeam ƒe aƒe la dzi, eye matsrɔ̃ Yerobeam ƒe ŋutsuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa le Israel, eye makplɔ Yerobeam ƒe aƒe la ƒiaƒiaƒia, abe alesi wokplɔa aɖuɖɔ ene.

Fiawo I 14:16

Eye wòatsɔ Israel ade asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, si wòwɔ hetsɔ ble Israel la ŋuti.

Fiawo I 15:1-3

Le Yerobeam, Nebat vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la Abiyam zu fia ɖe Yuda dzi. Eɖu fia le Yerusalem ƒe etɔ̃. Dadaa ŋkɔ nye Maaxa, Abisalom vinyɔnu. Eye wòzɔ le fofoa ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔ le eŋgɔ la me, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.

Fiawo I 15:11-14

Asa wɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me abe fofoa Dawid ene. Enyã matrewɔlawo ɖa le anyigba la dzi, eye wòɖe legba, siwo fofoa wɔ la ɖa. Eɖe dadaa Maaxa hã ɖa, be magaɖu dzi o, elabena ewo legba na Asera, eye Asa mũ legba la ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me. Ke womeɖe nuxeƒewo ɖa o; gake Asa ƒe dzi nɔ Yehowa ŋu blibo le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.

Fiawo I 15:25-26

Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe evelia me la Yerobeam vi Nadab zu fia ɖe Israel dzi, eye woɖu fia ɖe Israel dzi ƒe eve. Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye wòto fofoa ƒe ʋe me hewɔ eƒe nuvɔ̃, si wòtsɔ ble Israel ɖe nuvɔ̃ me la.

Fiawo I 15:30

le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ hetsɔ ble Israel ɖe nuvɔ̃ me, kple nusiwo wòwɔ hetsɔ do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ta.

Fiawo I 15:33-34

Le Yuda-fia Asa ƒe ƒe etɔ̃lia me la Axiya vi Baesa zu fia ɖe Israel blibo la dzi le Tirza ƒe blave vɔ ene. Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eto Yerobeam ƒe ʋe me, eye wòwɔ eƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me.

Fiawo I 16:4

Baesa ƒe ame, si ke ku ɖe du me la, avũwo aɖui, eye eƒe amesi ke ku ɖe gbe me la, dziƒoxewo aɖui.

Fiawo I 16:7

Eve Yehowa ƒe nya gava Xanani vi nyagblɔɖila Yehu gbɔ na Baesa kple eƒe aƒe le nu vɔ̃ɖi, siwo katã wòwɔ le Yehowa ŋku me kple eƒe asinudɔwɔwɔ, siwo wòtsɔ do dziku ne la ta, ne woazu abe Yerobeam ƒe aƒe ene, elabena eya tsrɔ̃e.

Fiawo I 16:12-13

Eye Zimri tsrɔ̃ Baesa ƒe aƒe blibo la le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Baesa ŋu to nyagblɔɖila Yehu dzi la nu; le Baesa kple via Ela ƒe nuvɔ̃, siwo katã wowɔ hetsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, eye wotsɔ woƒe yakanuwo do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ta.

Fiawo I 16:18-19

Esi Zimri kpɔ bena, woxɔ dua la, eyi ɖe fia ƒe aƒe ƒe mɔ̃ me, eye wòtɔ dzo fia ƒe xɔ la ɖe eɖokui dzi, eye woku le eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; elabena ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye wòto Yerobeam ƒe ʋe me wɔ eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ hetsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la.

Fiawo I 16:25-26

Eye Omri wo nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, ewɔ nu gbegblẽ wu amesiwo katã nɔ ŋgɔ nɛ la. Eto Yerobeam, Nebat vi la ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye wòwɔ eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, be wotsɔ woƒe yakanuwo do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.

Fiawo I 16:30-33

Eye Axab, Omri vi, wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me wu amesiwo katã nɔ ŋgɔ nɛ. Esi wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃wo la, nu tsɛ ko wònye ne; eye wòɖe Zidon-fia Etbaal ƒe vinyonu Izebed, eye wòyi ɖasubɔ Baal hede ta agu nɛ. Eye wòɖi vɔsamlekpui na Baal ɖe Baal ƒe xɔ, si wòtu ɖe Samaria la me. Axab wɔ Asera hã. Eye Axab wɔ nu geɖe hetso do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, wu Israel-fia, siwo katã nɔ ŋgɔ nɛ.

Fiawo I 18:4

Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi wòe.

Fiawo I 18:17-19

Esi Axab kpo Eliya la, Axab gblɔ nɛ bena: Wò, amesi he gbegblẽ va Israel dzi la, enye esia? Eɖo ŋu bena: Menye nyee he gbegblẽ va Israel dzi o, ke boŋ mia kple fofowò ƒe aƒee, elabena mieɖe asi le Yehowa ƒe seawo ŋu, eye mèdze Baalwo yome. Azɔ dɔ, ne woaɖaƒo Israel blibo la nu ƒu hekpe ɖe Baal ƒe nyagblɔɖila alafa ene blaatɔ̃ kpakple Asera ƒe nyagblɔɖila alafa ene, siwo ɖua nu le Izebel ƒe kplɔ̃ ŋu la ŋuti va gbɔnye le Karmel-to la gbɔ.

Fiawo I 19:1-2

Axab va to nusiwo katã Eliya wo kple alesi wòtsɔ yi wu nyagblɔɖilawo katãe la, na Izebel. Tete Izebel da ame ɖo ɖe Eliya be, wòagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne nyemewɔ wò agbe etsɔ wɔle siawo abe wo dometɔ ɖeka ƒe agbe ene o fi!

Fiawo I 21:17-24

Eye Yehowa ƒe gbe va Eliya, Tisbitɔ gbɔ bena: Tso, nayi aɖakpe Israel-fia Axab, si le Samaria: kpɔ ɖa, ele Nabot ƒe weingble me, afisi wòva, be yeaxɔ wòanye ye tɔ. Ƒo nu kplii gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ewu ame tso gaxɔ eƒe nu wɔ tɔwòea? Eye ƒo nu kplii gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Afisi avũwo ɖuɖɔ Nabot fe ʋu le la, afima avũwo aɖuɖɔ wo hã wò ʋu le. Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me. Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwo, eye makplɔ wò kple xa; eye matsrɔ̃ Axab ƒe ŋutsuwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ɖa le Israel. Eye mawɔ wò aƒe abe Yerobeam, Nebat vi ƒe aƒe kple Baesa, Axiya vi ƒe aƒe ene, le dziku, si nèɖo nam kple alesi nèble Israel de nuvɔ̃ me la ta. Eye ale Yehowa gblɔ le Izebel hã ŋu enye si: Avũwo aɖu Izebel le Yezreel ƒe gli gbɔ. Axab ƒe ame, si ke ku ɖe du me la, avũwo aɖui, eye eƒe ame, si ke ku ɖe gbe me la, dziƒoxewo aɖui.

Fiawo I 21:25-29

Amea ɖeke meli ɖe Axab, si tsɔ eɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me la nu o, elabena srɔ̃ Izebel ye blee de eme. Eye wòwɔ ŋunyɔnu geɖe hesubɔ legbawo abe Amoritɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la, pɛpɛpɛ ene. Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo. Tete Yehowa ƒe gbe va Eliya, Tisbitɔ gbɔ bena: Ele ekpɔm be, Axab bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le ŋkunye me la, eyata nyemana dzɔgbevɔ̃e la nava le eƒe agbe me ŋkekewo me o, ke boŋ mana dzɔgbevɔ̃e la nava eƒe aƒe dzi le via ƒe agbe me ŋkekewo me.

Fiawo I 22:38-39

Wova klɔ tasiaɖam la le Samaria-ta to, eye avũwo ɖuɖɔ eƒe ʋu, eye gbolowo va le tsi le eme, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ la nu. Axab ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ, nyiɖuxɔ, si wòtu kple ɖu, siwo katã wotso la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

Fiawo I 22:43-44

Eto fofoa Asa ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye mete ɖa o, eye wòwɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me. Nuxeƒewo koe womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo. Eve Yosafat bia nu kple Israel-fia.

Fiawo I 22:51-53

Axazya, Axab vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria le Yuda-fia Yosafat ƒe ƒe wuiadrelia me, eye woɖu fia ɖe Israel dzi ƒe eve. Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye wòto fofoa kple dadaa ƒe ʋe me kpakple Yerobeam, Nebat vi, amesi ble Israel de nuvɔ̃ me la ƒe ʋe me. Esubɔ Baal hede ta agu nɛ, eye wòdo dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, abe alesi fofoa wo pɛpɛpɛ ene.

Fiawo II 1:16-17

Eye wògblɔ ne bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel, ne woabia gbee ase o ta, nèdɔ ame, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku. Ale woku le Yehowa ƒe nya, si Eliya gblɔ la nu. Eye Yoram zu fia ɖe eteƒe le Yuda-fia Yoram, Yosafat vi ƒe ƒe evelia me, elabena ŋutsuvia ɖeke mele esi o.

Fiawo II 3:1-3

Yoram, Axab vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria le Yuda-fia Yosafat ƒe ƒe wuienyilia me, eye woɖu fia ƒe wuieve. Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, ke mede fofoa kple dadaa nu o, eye wòɖe Baal ƒe legba, si fofoa wɔ la ɖa. Negbe Yerobeam, Nebat vi, amesi ble Israel ɖe nuvɔ̃ me la ƒe nuvɔ̃wo ŋu ko woku ɖo, eye meɖe asi le wo ŋu o.

Fiawo II 8:16-18

Eye Yoram, Yuda-fia Yosafat ƒe vi, zu fia le Israel-fia Axab ƒe vi Yoram ƒe ƒe atɔ̃lia me, le Yuda-fia Yosafat ŋɔli. Exɔ ƒe blaetɔ̃ vo eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. Eye wòto Israel-fia wo ƒe ʋe me, abe alesi Axab ƒe aƒe la wo ene, elabena eɖe Axab ƒe vinyɔnu, eye wòwɔ nusi enye vɔ̃ le Yehowa ŋku me.

Fiawo II 8:26-27

Axazya xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe ɖeka. Dadaa ŋkɔ nye Atalya, Israel-fia Omri fe vinyɔnu. Eto Axab ƒe aƒe la ʋe me, eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe Axab fe aƒe la ene; elabena to wònye na Axab ƒe aƒe la.

Fiawo II 9:5-8

Esi woge ɖe eme la, kpɔ ɖa, aʋakɔ la ƒe amegãwo ɖi anyi. Eye wògblɔ bena: Amegã, mehe gbea ɖe vɛ na wò! Yehu ɖo ŋu bena: Mí katã dometɔ kae? Eɖo ŋu bena: Amegã wòe! Tete wòtsi tre heyi xɔa me, eye wòka ami la ɖe eƒe ta me gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mesi ami na wò heɖo fia wò ɖe Yehowa ƒe aƒe Israel dzi. Eye tsrɔ̃ wò aƒetɔ Axab ƒe aƒe la, ne mabia hlɔ̃ Izebel ɖe nye dɔla nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kple Yehowa ƒe dɔlawo katã ƒe ʋu nu. Axab ƒe aƒe blibo la atsrɔ̃ gbidigbidi, eye matsrɔ̃ Axab ƒe ŋutsuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.

Fiawo II 9:30-37

Emegbe Yehu va Yezreel. Esi Izebel see la, eɖo tu ɖe ŋku, eye wòwɔ leke na eƒe ta, eye wòdo mo ɖe fesre nu. Eye esi Yehu va agboa me la, tete wògblɔ be: Zimri, eƒe aƒetɔ wula doa? Wòfɔ ka dzi kpo fesre nu gblɔ bena: Ameka le dzinye, amekae? Tete aƒemenuwo dzikpɔla eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre nu. Eye wògblɔ bena: Mitu asii ƒu anyi! Tete wotu asii ƒu anyi, eye eƒe ʋu hlẽ ɖe gli kple sɔwo ŋu, eye wofanyae. Eye esi woge ɖe eme ɖu nu no nu la, egblɔ bena: Miyi ɖakpɔ fiƒodeme sia ɖa, ne miaɖii, elabena fia vinyɔnue. Ke esi woyi, be yewoaɖii la, womekpɔ eƒe afia ɖeke o, negbe eƒe takoli, afɔbaya kple asibayawo ko. Eye wogbugbɔ va gblɔ̃e nɛ; tete wògblɔ be: Esia nye nya, si Yehowa gblɔ to eƒe dɔla Eliya, Tisbitɔ la dzi bena: Avũwo aɖu Izebel ƒe lã le Yezreel-gble me. Eye Izebel ƒe kukua ano abe mi ene anɔ gbe me le Yezreel-gble me, ale be amea ɖeke mate ŋu agble be: Izebel enye si o.

Fiawo II 10:18-24

Tete Yehu ƒo dukɔ blibo la nu ƒu gblɔ na wo bena. Axab mesubɔ Baal wòde edeƒe o, Yehu asubɔe ɖe edzi awu. Eyata miyɔ Baal fe nyagblɔɖilawo katã kple esubɔlawo katã kpakple eƒe nunɔlawo katã ɖem, amea ɖeke megatsi anyi o, elabena mele vɔsaŋkeke gãa ɖe ɖu ge na Baal. Amesi ke tsi anyi la, maganɔ agbe o! Ke ŋɔdzomenue Yehu wɔ, be woatsrɔ̃ Baal-subɔlawo. Eye Yehu gblɔ bena: Miwo ŋkekenyuie ƒe takpekpe la kokoe na Baal! Tete woɖe gbe ƒã. Eye Yehu dɔ ame ɖo ɖe Israel blibo la, eye Baal-subɔlawo katã wova, amea ɖeke metsi anyi si meva o; woyi ɖe Baal ƒe xɔ la me, eye Baal ƒe xɔ la yɔ tratratra tso go ɖeka me vaseɖe go keme me. Eye wògblɔ na awudzikpɔla bena: Ɖe awuwo do goe na Baal-subɔlawo katã! Tete woɖe awuawo do goe na wo. Azɔ Yehu kple Yonadab, Rexab vi, wova Baal ƒe xɔ la mɔ, eye wògblɔ na Baal-subɔlawo bena: Midzro eme, ne míakpɔ be. Yehowa ƒe subɔlawo dometɔa ɖeke maganɔ mia dome afisia o, negbe Baal-subɔlawo ɖeɖeko. Ke esi wova akpedavɔ kple numevɔ sa ge la, Yehu ɖe ame blanyi ɖo xexe gblɔ bena: Ne amesiwo mede asi na mi la, dometɔa ɖe si la, ekema agbe anɔ agbe teƒe.

Fiawo II 10:27

Wogbã Baal ƒe legba la, eye wogbã Baal ƒe xɔ la hetsɔe ɖo kpɔxadeƒee vaseɖe egbe.

Fiawo II 10:31

Ke Yehu melé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne woazɔ ɖe wo nu kple eƒe dzi blibo o; eye meɖe, asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la nu o.

Fiawo II 11:14

Esi wòkpɔ bena, fia la tsi tre ɖe kɔkɔƒe, abe alesi wònye kɔnu ene, amegãwo kple kpẽkulawo ƒo xlã fia la, esi dukɔ hahoo la le dzidzɔ kpɔm hele kpẽ kum la, Atalya dze eƒe awuwo gblɔ bena: Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!

Fiawo II 12:2-3

Eye Yoas wɔ nusi nyo le Yehowa ŋku me le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena nunɔla Yehoyada fia nui. Negbe nuxeƒewo ko womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo.

Fiawo II 13:1-2

Le Yuda-fia Axazya ƒe vi Yoas ƒe ƒe blave vɔ etɔ̃lia me la Yehu ƒe vi Yoaxaz zu fia de Israel dzi le Samaria ƒe wuiadre. Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, eye meɖe asi le eŋu o.

Fiawo II 13:10-11

Le Yuda-fia Yoas ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ adrelia me la Yoaxaz ƒe vi Yoas zu fia ɖe Israel dzi le Samaria ƒe wuiade. Ewo nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam. Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o, ke boŋ ewɔ wo.

Fiawo II 14:1-4

Le Israel-fia Yoaxaz ƒe vi Yoas ƒe ƒe evelia me la Amazya, Yuda-fia Yoas ƒe vi, zu fia. Exɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blave vɔ asieke. Dadaa ŋkɔ nye Yehoadan tso Yerusalem. Ewo nusi dze Yehowa ŋu, ɖeko meɖe fofoa Dawid nu o, eye wòwɔ pɛpɛpɛ, abe alesi fofoa Yoas wɔ ene. Negbe nuxeƒewo ko womede ɖa o, eye dukɔ la gasa vo hedo dzudzɔ le nuxeƒewo.

Fiawo II 14:23-24

Le Yuda-fia Amazya, Yoas vi ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me la Yerobeam, Israel-fia Yoas ƒe vi, zu fia le Samaria ƒe blane vɔ ɖeke. Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.

Fiawo II 15:1-5

Le Israel-fia Yerobeam ƒe ƒe blave vo adrelia me la Azarya, Yuda-fia Amazya ƒe vi, zu fia. Exɔ ƒe wuiade, esime wòzu fia, eye wòdu fia le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ va eve. Dadaa ŋkɔ nye Yexalya tso Yerusalem. Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Amazya wɔ pɛpɛpɛ ene. Negbe nuxeƒewo ko womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo. Ke Yehowa ɖe fu na fia la, eye wòdze anyi vaseɖe eƒe kugbe, eye wònɔ xɔa ɖe me le aga. Eye fia ƒe vi Yotam no aƒe la nu hedrɔ̃ ʋɔnu dukɔ hahoo la.

Fiawo II 15:8-9

Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ enyilia me la Zaxarya, Yerobeam vi, zu fia ɖe Israel dzi le Samaria dzinu ade. Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoawo wɔ ene; eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.

Fiawo II 15:13-14

Le Yuda-fia Uziya ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ asiekelia me la Salum, Yabes vi, zu fia, eye woɖu fia le Samaria dzinu ɖeka. Tete Menaxem, Gad vi, tso Tirza ho va Samaria, eye wowu Salum, Yabes vi la, hezu fia ɖe eteƒe.

Fiawo II 15:17-18

Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ asiekelia me la Menaxem, Gad vi, zu fia ɖe Israel dzi ƒe ewo le Samaria. Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.

Fiawo II 15:23-24

Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaatɔ̃lia me la Pekaxya, Menaxem vi, zu fia ɖu Israel dzi ƒe eve le Samaria. Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wòtsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.

Fiawo II 15:27-28

Le Yuda-fia Azarya ƒe ƒe blaatɔ̃ vɔ evelia me la Pekax, Remalya vi, zu fia ɖe Israel dzi ƒe blave le Samaria. Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃, siwo wotso ble Israel de nuvɔ̃ me la ŋu o.

Fiawo II 15:32-35

Le Israel-fia Pekax, Remalya vi ƒe ƒe evelia me la Yotam, Yuda-fia Uziya ƒe vi, zu fia. Exɔ ƒe blave vo atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. Ewo nusi dze Yehowa ŋu; alesi fofoa Uziya wɔ la, nenema pɛpɛpɛ wòwɔ. Negbe nuxeƒewo ko womeɖe ɖa o, eye dukɔ la gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo. Eyae de dzigbegbo le Yehowa ƒe aƒe la nu.

Fiawo II 16:1-4

Le Pekax, Remalya vi ƒe ƒe wuiadrelia me la Axaz, Yuda-fia Yotam ƒe vi, zu fia. Axaz xɔ ƒe blave, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Mewu nusi dze Yehowa, eƒe Mawu la ŋu abe fofoa Dawid ene o, ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ʋe me; gɔglɔ̃gɔ la ena viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu. Esa vɔ, eye wòdo dzudzɔ le nuxeƒewo, togbɛwo dzi kple ati damawo katã te.

Fiawo II 17:1-2

Le Yuda-fia Axaz ƒe ƒe wuievelia me la Hosea, Ela vi, zu fia ɖu Israel dzi ƒe asieke le Samaria. Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, ke menye abe Israel-fia, siwo nɔ ŋgɔ nɛ la ene o.

Fiawo II 18:1-6

Le Israel-fia Hosea. Eta vi ƒe ƒe etɔ̃lia me la Xizkiya, Yuda-fia Axaz ƒe vi, zu fia Exɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu ba ƒe blave vɔ asieke le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Abi, Zaxarya ƒe vinyɔnu. Eye wòwɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Dawid wɔ pɛpɛpɛ ene. Eɖe nuxeƒewo ɖa, eye wògbã aƒeliwo, elã Aserawo, eye wògbã akɔblida, si Mose wɔ la; elabena Israel-viwo do dzudzɔ nɛ vaseɖe ɣemaɣi, eve wòna ŋkɔe be Nexustan. Eɖo ŋu ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye etɔgbea ɖeke mena Yuda-fia, siwo katã dze eyome alo do ŋgɔ nɛ la dome o. Eku ɖe Yehowa ŋu, eye mele ɖa le eŋu o, eye wòle Yehowa ƒe se, siwo wòde na Mose la me ɖe asi.

Fiawo II 18:14-16

Tete Yuda-fia Xizkiya da ame ɖo ɖe Asur-fia le Laxis, ne woagblɔ nɛ bena: Mewɔ nuvɔ̃! Ho dzo le gbɔnye, eye maxɔ nusi natsɔ aɖo dzinye la atso. Eye Asur-fia ɖo klosalo talento alafa etɔ̃ kple sika talento blaetɔ̃ na Yuda fia Xizkiya, be wòaxe. Eye Xizkiya tsa klosalo, siwo katã wòkpɔ le Yehowa ƒe aƒe me kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe la hena. Ɣemaɣi Xizkiya flo sika, siwo Yuda-fia Xizkiya fa ɖe Yehowa ƒe xa ƒe ʋɔtruwo kple sɔtiwo ŋu la, eye wòtsɔ wo na Asur-fia.

Fiawo II 20:13-17

Eye Xizkiya ɖo to wo, eye wòfia eƒe kesinɔnuxɔwo katã, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple aʋawɔnuxɔ kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnuwo me la wo, naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe aƒe kple eƒe fiaɖuƒe blibo la me o. Tete nyagblɔɖila Yesaya va fia Xizkiya gbɔ gblɔ ne bena: Nya ka ŋutsu siawo gblɔ, eye afika wotso va gbɔwò? Xizkiya ɖo ŋu bena: Wotso kekeke Babel ke. Eye wògblɔ be: Nuka wokpɔ le aƒewò me? Xizkiya ɖo ŋu be: Wokpɔ nusiwo katã le aƒenye me la, naneke mele nye ke sinɔnuwo me, si nyemetsɔ fia wo o. Tete Yesaya gblɔ na Xizkiya bena: Se Yehowa ƒe gbe! Kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna, esime wòala nusiwo katã le aƒewò me kple nusiwo fofowòwo tu ɖo vaseɖe egbe la, ayi Babel, naneke makpɔtɔ o; Yehowa gblɔe!

Fiawo II 21:1-7

Manase xɔ ƒe wuieve, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔ nye Xefziba. Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu. Egagbugbɔ nuxeƒe, siwo fofoa Xizkiya gbã la tu, eɖi vɔsamlekpuiwo na Baal, eye wòwɔ Asera, abe alesi Israel-fia Axab wɔ ene, eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã hesubɔ wo. Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le be, yeatsɔ yeƒe ŋkɔ aɖo Yerusalem la me. Eye wòɖi vɔsamlekpuiwo na dziƒonuwo katã ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnuwo kple eve. Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ. Eye wòtsɔ Asera ƒe legba, si wòwɔ la, ɖo aƒe la me, aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le na Dawid kple via Salomo be: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo aƒe sia me kple Yerusalem, si metia le Israel-toawo katã me la tegbee.

Fiawo II 21:16

Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi, vaseɖe esime wona Yerusalem yɔ tso go ɖeka me vaseɖe go keme me hekpe ɖe eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Yuda wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me la ŋuti.

Fiawo II 21:19-22

Amon xa ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe eve le Yerusalem. Dadaa ŋkunye Mesulemet, Xaruz ƒe vinyɔnu tso Yotba. Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase wo ene. Eto mɔ, si fofoa to la pɛpɛpɛ, eye wòsubɔ legba, siwo fofoa subɔ hede ta agu na wo. Egblẽ Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la ɖi, eye meto Yehowa ƒe mɔwo o.

Fiawo II 22:1-2

Yosiya xɔ ƒe enyi, esime wòzu fia, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ vɔ ɖeke. Dadaa ŋkɔ nye Yedida, Adaya ƒe vinyɔnu tso Bozkat. Ewo nusi nyo le Yehowa ŋku me, eye wòto fofoa Dawid ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye medze ɖe ɖusi alo mia me o.

Fiawo II 22:8-13

Tete nunɔlagã Xilkiya gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan bena: Mefɔ segbalẽa ɖe le Yehowa ƒe aƒe lãme. Eye Xilkiya tsa agbalẽ la na Safan wòxlẽ. Eye agbalẽŋlɔla Safan va fia la gbɔ, eye wòhe gbe vɛ na fia la gblɔ bena: Wò dɔlawo trɔ ga, si le aƒe la me, eye wotsɔe de asi na dɔnunɔla, siwo wotsɔ ɖo Yehowa ƒe aƒe la nu. Eye agbalẽŋlɔla Safan to na fia la bena: Nunɔla Xilkiya tso agbalẽa ɖe nam; eye Safan xlẽe na fia la. Esime fia la se segbalẽa me nyawo la, edze eƒe awuwo. Eye fia la de se na nunɔla Xilkiya kple Safan vi Axikam, Mixaya vi Axbor kple agbalẽŋlɔla Safan kpakple ha ƒe subɔla Asaya gblɔ bena: Miyi ɖabia nu Yehowa ɖe tanye kple ɖe dukɔ la kpakple Yuda blibo la ta le agbalẽ, si wòfɔ lãme nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si wòdo de mía ŋuti la, nu sẽ, elabena mia fofowo meɖo to agbalẽ sia me nyawo, ne woawɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi o.

Fiawo II 23:12-14

Eye fia la gbã vɔsamlekpui, siwo le Axaz ƒe xɔta, siwo Yuda-fiawo ɖi, kple vɔsamlekpui, siwo Manase ɖi ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo kple eve la, eye wòɖe wo ɖa tso afima hetsɔ woƒe anyi ɖakɔ ɖe Kidron-tɔʋu la me. Eye fia la do gu nuxeƒe, siwo le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe le Amito la ƒe ɖusi gome, siwo Israel-fia Salomo tu na Zidontɔwo ƒe ŋunyɔnu Astartewo kple Moabitɔwo ƒe ŋunyɔnu Milkom. Egbã aƒeliwo, eye wòmũ Aserawo helɔ ame ƒuwo kɔ de wo teƒe.

Fiawo II 23:24-26

Eye Yosiya ɖe ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, aklama kpakpɛwo kple legbawo kpakple ŋunyɔnuwo, siwo katã wòkpɔ le Yuda-nyigba dzi kple Yerusalem la hã ɖa, ne wòawɔ se la ƒe nya, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ, si nunɔla Xilkiya fɔ le Yehowa ƒe aƒe me la dzi. Fiaa ɖeke menɔ eŋgɔ de enu, amesi trɔ ɖe Yehowa ŋu kple eƒe dzi blibo kple eƒe luʋɔ blibo kpakple eƒe ŋusẽ blibo le Mose ƒe seawo katã nu o; eye etɔgbea ɖeke hã menɔ eyome o. Ke Yehowa meɖe asi le eƒe dɔmedzoe gã, si wòdo ɖe Yuda ŋu la ŋuti o, le dziku, siwo katã Manase do nɛ la ta.

Fiawo II 23:31-32

Yoaxaz xɔ ƒe blave vɔ etɔ, esime wòzu fia, eye woɖu fia dzinu elɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Xamutal, Yeremya ƒe vinyɔnu, tso Libna. Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoawo wɔ pɛpɛpɛ ene.

Fiawo II 23:36-37

Yoyakim xɔ ƒe blave vɔ alɔ, esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Zebuda, Pedaya vinyɔnu, tso Ruma. Ewɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoawo wɔ pɛpɛpɛ ene.

Fiawo II 24:8-9

Yoyaxin xɔ ƒe wuienyi, esime wòzu fia, eye woɖu fia dzinu etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Nexusta, Elnatan ƒe vinyɔnu, tso Yerusalem. Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa wɔ pɛpɛpɛ ene.

Fiawo II 24:13-16

Eye wòlɔ Yehowa ƒe me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe me kesinɔnuwo katã tso afima, eye wògbã sikanu, siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, abe alesi Yehowa gblɔ ene. Eɖe aboyo Yerusalem blibo la kple amegãwo katã kpakple aʋawɔlawo katã, atikpalawo katã kple nutulawo. Aboyomeawo le ame akpe ewo, amea ɖeke mekpɔtɔ o, negbe dukɔ hahoo la ƒe ame dahewo ko. Èkplɔ Yoyaxin yi Babel, eye wòkplɔ fia dada, fia srɔ̃wo kple eƒe aƒemenu dzikpɔlawo kpakple anyigba dzi bubumewo tso Yerusalem yi aboyo me le Babel. Ŋutsu aʋawɔlawo katã le ame akpe adre, eye atikpalawo kple nutulawo le ame akpe ɖeka; wo katã nye aʋawɔla veviwo, eye Babel-fia ɖe aboyo wo yi Babel.

Fiawo II 24:18-20

Zedekiya xɔ ƒe blave vɔ ɖeka, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Xamutal, Yeremya ƒe vinyɔnu, tso Libna. Eye wòwɔ nusi nye vɔ le Yehowa ŋku me, abe alesi Yoyakim wɔ pɛpɛpɛ ene. Elabena le Yehowa ƒe dɔmedzoe la ta wòva me na Yerusalem kple Yuda alea, vaseɖe esime wòte wo da le eƒe ŋku la. Eye Zedekiya dze aglã ɖe Babel-fia ŋu.

Fiawo II 25:6-7

Eye wòlé fia la hekplɔe va Babel-fia gbɔ le Ribla, eye wodrɔ̃ ʋɔnui. Wowu Zedekiya viwo le eŋku me, eye wogbã ŋku na Zedekiya hede gãe kplɔ yi Babel.

Kronika I 10:13-14

Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se, ke mebia gbe Yehowa ya se o; eyata wòwui, eye wòna fiaɖuƒe la yi ɖe Dawid, Isai vi la si me.

Kronika I 11:1-2

Tete Israel blibo la va kpe ta de Dawid gbɔ le Xebron gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye. Menye egbe o, menye etsɔ o, esime Saul nye fia la, wòe kplɔa Israel doa goe gakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa, wò Mawu la, gblɔ na wò bena: Wòe le nye dukɔ Israel kplɔla nye ge, eye wòe anye amegã de nye dukɔ Israel nu.

Kronika I 28:4-5

Eye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dam le fofonye ƒe aƒe blibo la me, be maɖu fia ɖe Israel dzi tegbee, elabena etia Yuda, ne wòanye amegã, eye nye nu nyo eŋu le fofonye Yuda ƒe aƒe me kple fofonye viwo dome, eye wòtsɔm ɖo fia ɖe Israel blibo la nu. Etia vinye Salomo le vinyewo katã dome, elabena Yehowa na vi geɖem, ne woabɔbɔ nɔ Yehowa ƒe Israel-fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.

Kronika I 28:6-8

Eye wògblɔ nam be: Viwò Salomo netu nye xɔ, eye wòatɔ nye kpɔwo, elabena metia eya, ne wòanye vinye, eye nyea manye fofoa. Mali ke eƒe fiaɖuƒe la tegbee, nenye be, elé nye sewo kple kɔnuwo me ɖe asi sesĩe, eye wòwɔ wo dzi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Eyata mele nu xlɔ̃m mi le Israel blibo la kple Yehowa ƒe ha la ŋku me kpakple ɖe mía Mawu ƒe to me be: Milé Yehowa, mia Mawu ƒe seawo katã me ɖe asi, eye midi eyome, ne miaxɔ anyigba nyui la, eye mia megbeviwo natsɔe anyi dome tegbee.

Kronika I 29:26-28

Dawid, Isai vi la, ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi. Ɣeyiɣi, siwo woɖu fia ɖe Israel dzi la, le ƒe blane; eɖu fia le Xebron ƒe adre, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ vɔ etɔ̃. Eku amegã belibeli hafi ku, eye agbenɔnɔ, kesinɔnu kple bubu ti kɔ nɛ, eye via Salomo zu fia ɖe eteƒe.

Kronika II 1:1-4

Eye Salomo, Dawid vi la, li ke le eƒe fiaɖuɖu la me, Yehowa, eƒe Mawu, no kplii, eye wòwɔe gã ŋutɔ. Eye Salomo ƒo nu kple Israel blibo la, ame akpawo kple ame alafawo ƒe amegãwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple Israel blibo la ƒe amegãwo katã, amesiwo nye aƒekɔwo ƒe amegãwo; eye ameha blibo la kpe ɖe Salomo ŋu woyi vosaƒe le Gibeon, elabena Mawu ƒe agbadɔ, si Yehowa ƒe dɔla Mose wɔ le gbe dzi la, le afima. Ke Dawid ɖatsɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Kiryat-Yearim va teƒe, si wòwɔ nɛ lã, elabena ewo agbadɔ nɛ ɖe Yerusalem.

Kronika II 6:12-14

Eye wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo. Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mede nuwò le dziƒo kple anyigba dzi o, èléa nubabla kple amenuveve me ɖe asi na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple dzi blibo.

Kronika II 7:1-5

Esi Salomo do gbe da vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numevɔsawo kple akpedavɔsawo, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la. Eye nunɔlawo mete ŋu yi ɖe Yehowa ƒe xɔ la me o, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Yehowa ƒe xɔ la. Israel-viwo katã kpɔ, alesi dzo la ɖi ɖe anyi kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le xɔ la dzi, tete wobɔbɔ hede ta agu de kpenyigba la dzi, eye wodo gbe ɖa heda akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee. Eye fia la kple dukɔ la tsɔ lãwo sa vɔe le Yehowa ŋku me. Fia Salomo tsɔ nyi akpe blave vɔ eve kple alẽ akpe alafa ɖeka blave sa vɔe. Ale fia la kple dukɔ blibo la kɔ Mawu ƒe xɔ la ŋu enye si.

Kronika II 7:12-14

Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le zã me gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa, eye metia teƒe sia wo nye vosaƒe. Ne mexe dziƒo nu, eye tsi megale dzadzam o, ne medo ʋetsuviwo ɖa, be woaɖu anyigba la, ne meɖo dɔvɔ̃ ɖe nye dukɔ la dome, eye nye dukɔ, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, bɔbɔ eɖokui, wodo gbe ɖa, eye wodi nye ŋku me, eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, ekema masee le dziƒo, eye matsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye mayɔ dɔ woƒe anyigba la.

Kronika II 12:13-14

Ale fia Rexabeam li ke eɖokui, eye woɖu fia le Yerusalem. Rexabeam xɔ ƒe blane vɔ ɖekɛ, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du, si Yehowa tia le Israel-toawo katã me, be wòatsɔ eƒe ŋkɔ aɖo afima la me. Dadaa ŋkɔ nye Naama, Amoni-nyɔnu. Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃, elabena metsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa didi ŋu o.

Kronika II 13:17

Eye Abiya kple eƒe dukɔ la si wo vevie ŋutɔ, eye ŋutsu dana akpe alafa atɔ̃ ku le Israel dome.

Kronika II 13:20

Eye ŋusẽa ɖeke menɔ Yerobeam; ŋu le Abiya ƒe agbenɔɣi o; eye Yehowa ƒoe woku.

Kronika II 14:2-5

Eye Asa wo nusi nyo, eye wòdze Yehowa, eƒe Mawu la ŋu. Eɖe vɔsamlekpui tutowo kple nuxeƒewo ɖa, egbã aƒeliwo, eye wòlã Aserawo hede se na Yuda bena, woadi Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye woawo eƒe nufiamewo kple eƒe sewo dzi. Eɖe nuxeƒewo kple ɣelegbawo ɖa le Yuda-duwo katã me, eye fiaɖuƒe la kpɔ gbɔdzɔe le ele.

Kronika II 15:17

Ke womede nuxeƒewo ɖa le Israel o; gake Asa ƒe dzi nɔ blibo le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.

Kronika II 16:10

Tete dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòtsɔe de gaxɔ me, elabena dɔme vee ɖe eŋu te nya la ta. Eye Asa sẽ ŋuta le dukɔ la dometɔa ɖewo ŋu ɣemaɣi.

Kronika II 16:12

Eye Asa dze da ɖe afɔ le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃ va asiekelia me, eye ɖɔ la do gã ɖe edzi; ke mebia gbe Yehowa se le eƒe dɔléle la me o, negbe atikewɔlawo ko.

Kronika II 17:3-6

Eye Yehowa nɔ kple Yosafat, elabena ezɔ fofoa Dawid ƒe mɔ tsãtɔwo dzi, eye mebia Baal ta se o; ke boŋ ebia fofoa ƒe Mawu la ta se, ezɔ le eƒe sewo nu, eye mewɔ Israel ƒe nuwɔwɔ o. Eyata Yehowa li ke fiaɖuƒe la ɖe esi me, eye Yuda blibo la tsɔ nunanawo na Yosafat, ale be kesinɔnu kple bubu siaa su esi. Eye esi dzi ɖo eƒo le Yehowa ƒe mɔwo dzi la, eɖe nuxeƒewo kple Aserawo ɖa le Yuda.

Kronika II 18:18-22

Eye wògblɔ nɛ be: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ no eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre le eƒe ɖusi kple mia me. Eye Yehowa gblɔ bena: Ameka ayi aɖaflu Israel-fia Axab, ne wòaɖatsi aʋa le Ramot-Gilead a? Amesi be ale, ame keme be ale. Tete gbɔgbɔa ɖe do ɖe Yehowa ŋku me gblɔ bena: Mayi aɖaflui! Yehowa gblɔ nɛ bena: Aleke nawɔe? Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã, ƒe nu me. Eye wògblɔ bena: Ate ŋu aflui vavã. Heyi ɖawɔ alea! Eyata kpo ɖa, Yehowa ye ɖe aʋatsogbɔgbɔ wò nyagblɔɖila siawo nu; elabena Yehowa do dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.

Kronika II 18:23-27

Tete Zedekya, Kenaana vi, te va ƒo to me na Mixa gblɔ bena: Afika Yehowa ƒe gbɔgbɔ dzo le gbɔnye yi hafi va ƒo nu kpli wò? Mixa ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, àkpɔe le gbesigbe nasi atso xa me ayi xɔ me, be naɣla ɖokuiwò! Tete Israel-fia gblɔ bena: Milé Mixa, ne miakplɔe agbugbɔ ayi dumegã Amon kple fiavi Yoas gbɔ, eye migblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Mitsɔ amesia de gaxɔ me, eye mina abolo via ɖe koe wòaɖu kple tsi via ɖe koe, vaseɖe esime matrɔ agbɔ le ŋutifafa me. Mixa ɖo ŋu bena: Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema menye Yehowa ye ƒo nu to dzinye o. Eye wògblɔ bena: Mi dukɔwo katã, miele esema?

Kronika II 18:33-34

Ke ŋutsua ɖe vu eƒe da me heda ɖe ya me, eye wote Israel-fia le gawua kpeƒe. Tete wògblɔ na eƒe tasiaɖamkplɔla bena: Trɔ, ne nakplɔm dzo le aʋa la nu, elabena mexɔ abi! Aʋa la nu sẽ gbemagbe, eye Israel-fia tsi tre ɖe tasiaɖam la me le Aramtɔwo kasa vaseɖe fiẽ, eve woku, esime ɣe ɖo to.

Kronika II 20:35-37

Esia megbe la Yuda-fia Yosafat bla nu kple Israel-fia Axazya, amesi nye nu vlo wɔla. Ebia nu kplu be, yeatu ʋuwo, ne wòayi Tarsis, eye wotu ʋuawo le Ezyon-Geber. Ke Eliezer, Dodawa vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi na Yosafat bena: Esi nebla nu kple Axazya la, eyata Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔ me na wo Tete ʋuawo gbã, eye womete ŋu de Tarsis o.

Kronika II 21:5-6

Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe enyi le Yerusalem. Eye wòto Israel-fiawo ƒe ʋe me, abe alesi Axab ƒe aƒe la wɔ ene, elabena eɖe Axab ƒe vinyɔnu, eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me.

Kronika II 21:16-19

Eye Yehowa dɔ Filistitɔwo kple Arabiatɔwo, amesiwo le Kusiviwo xa la ƒe gbɔgbɔ ɖe Yoram ŋu. Eye woho va dze Yuda dzi heta kesinɔnu, siwo katã wokpɔ le fia ƒe me la dzoe; wokplɔ viawo kple srɔ̃wo hã dzoe, eye viŋutsua ɖeke mekpɔtɔ nɛ o, negbe viawo ƒe dɔmlɔea Yoaxaz ko. Eye le nusiawo katã megbe la Yehowa ɖe fu nɛ, eye wòdze dɔ vɔ̃ɖia ɖe ɖe eƒe dɔkawo ŋu. Eye wòva me le ɣeyiɣia ɖewo megbe, esime ƒe eve va yi la, dɔléle la na wònyè eƒe dɔkawo, eye wòse veve geɖe heku; ke eƒe dukɔ la medo dzoa ɖeke nɛ, abe alesi wodo dzo na fofoawo ene o.

Kronika II 22:2-4

Axazya xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Atalya, Omri ƒe vinyɔnu. Eya hã to Axab ƒe aƒe la ʋe me, elabena dadaa nye eƒe aɖaŋuɖola le nu vlo wɔwɔ me. Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me abe Axab ƒe aƒe la ene, elabena woawòe nye eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe hena eƒe gbegblẽ.

Kronika II 22:9

Edi Axazya, eye wolée, esime wòɣla ɖe Samaria. Eye wokpɔe va Yehu gbɔ, eye wòna wowui hetso ɖi; elabena wogblɔ be, eya nye Yosafat, amesi tso eƒe dzi blibo di Yehowa la ƒe vi. Azɔ amea ɖeke megale Axazya ƒe me, amesi ate ŋu aɖu fia o.

Kronika II 23:12-13

Esi Atalya se dukɔ, si nyã aƒa va le fia la kafum ƒe ɣli la, eyi ɖe dukɔ la gbɔ le Yehowa ƒe aƒe la me. Ke esi wòkpɔ bena, fia la tsi tre ɖe kɔkɔƒe le mɔ nu, eye amegãwo kple kpẽkulawo le fia la gbɔ, dukɔ hahoo la katã le dzidzɔ kpɔm, eye wole kpẽ kum, eye hadzilawo tsɔ hadzinuwo le kafukafuha dzim la, Atalya dze eƒe awuwo, eye wòdo ɣli bena: Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!

Kronika II 23:16-18

Eye Yoyada bla nu kple dukɔ blibo la kpakple fia la be, yewoanye Yehowa ƒe dukɔ. Tete dukɔ blibo la ge ɖe Baal-ƒe me, wòmũ eƒe vɔsamlekpui ƒu anyi, wogbã eƒe legbawo, eye wowu Baal ƒe nunɔla Matan ɖe vɔsamlekpuia ŋgɔ. Eye Yoyada tsa Yehowa ƒe aƒe la me dowo de asi na nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiwo me Dawid mã hena Yehowa fe aƒe la, be wòasa Yehowa ƒe numevɔ kple dzidzɔ kpakple hadzidzi le Dawid ƒe ɖoɖo la nu, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene.

Kronika II 24:1-2

Yoas xɔ ƒe adre, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blane le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Zibya tso Beer-Seba. Eye Yoas wɔ nusi dze Yehowa ŋu le nunɔla Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.

Kronika II 24:20-22

Eye Mawu ƒe gbagba dze nunɔla Yoyada ƒe vi Zaxarya dzi, eye wòtsi tre ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ na wo bena: Ale Mawu gblɔ esi: Nukaŋuti míeɖa Yehowa ƒe se dzi, ne dzɔgbenyuiea ɖeke maganɔ mia ŋu o? Esi miegblẽ Yehowa ɖi la, eyata eya hã gblẽ mi ɖi. Tete wobla ɖe eŋu, eye woƒu kpee le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu. Ke fia Yoas meɖo ŋku alesi fofoa Yoyada ve enu la dzi o, eye wowu via. Eye esi wòle kukum la, egblɔ be: Yehowa kpɔe, eye abia eta.

Kronika II 25:1-2

Amazya xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blave vɔ asieke le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Yoadan tso; Yerusalem. Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, ɖeko menye kple dzi blibo o.

Kronika II 25:27

Tso esime Amazya trɔ le Yehowa yome la, woɖo nugbe ɖe eŋu le Yerusalem. Tete wòsi yi Laxis; ke wodo ame ɖe eyome ɖe Laxis, eye wowui le afima.

Kronika II 26:3-5

Uziya xɔ ƒe wuiade, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve le Yerusalem. Ewo nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Amazya wo pɛpɛpɛ ene. Edi Mawu le Zaxarya, amesi fia Mawu vɔvɔ̃e la ƒe agbenɔɣi katã, eye Mawu na wòdze edzi nɛ le ŋkeke, siwo katã me wòdi Yehowa.

Kronika II 26:16-21

Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dada me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi. Tete nunɔla Azarya do ɖe eyome, eye Yehowa ƒe nunɔla blanyi, siwo nye ŋutsu kalẽtɔwo la, kpe ɖe eŋu. Eye wotsi tre ɖe fia Uziya ŋu gblɔ nɛ bena: Uziya, medze wò be, nado dzudzɔ na Yehowa o, negbe nunɔlawo, siwo nye Aron viwo, amesiwo ŋu wokɔ hena dzudzɔdodo la ko. Do go le kɔkɔeƒe la, elabena èwɔ nu tovo, eye Yehowa made bubua ɖeke ŋuwò o. Tete Uziya ɖo dɔmedzoe, eye wòlé dzudzɔdogba ɖe asi be, wòado dzudzɔ. Ke esi wòdo dɔmedzoe ɖe nunɔlawo ŋu la, anyi ƒo ɖe eƒe ŋgonu le nunɔlawo ŋku me le Yehowa ƒe xɔ la me le dzudzɔdovɔsamlekpui la xa. Eye esi nunɔlawo ƒe tatɔ Azarya kple nunɔlawo katã trɔ kɔ ɖe eŋu la, kpɔ ɖa, edze anyi ɖe ŋgonu, eye wonyae afɔ tsɔtsɔe tso afima. Eya ŋutɔ hã wɔ kabakaba hedo, le esi Yehowa ƒoe la ta. Ale fia Uziya dze anyi vaseɖe eƒe kugbe, eye wònɔ aga le xɔa ɖe me abe anyidzelawo ene, elabena wotsri Yehowa ƒe aƒe la nɛ, eye via Yotam nɔ fia ƒe aƒe la nu hedrɔ̃ ʋɔnu dukɔ hahoo la.

Kronika II 27:1-2

Yotam xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Uziya wɔ pɛpɛpɛ ene, negbe ɖeko eya mege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o. Ke dukɔ la gale nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ɖaa ko.

Kronika II 28:1-3

Axaz xɔ ƒe blave, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Mewɔ nusi dze Yehowa ŋu abe fofoa Dawid ene o, ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ne me, eye wòkɔ legbawo na Baalwo. Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.

Kronika II 28:22-25

Ke Axaz sia gãwo nu tovo ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi, si me woxaxae ɖo. Esa vo na Damaskotɔ, siwo sii la ƒe mawuwo gblɔ bena: Esi Aram-fiawo ƒe mawuwo kpe ɖe wo ŋu la, eyata nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye! Ke wòtrɔ zu mɔ̃ na eya kple Israel blibo la. Eye fia la ƒo Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo nu ƒu, eye wògbã Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo, etu Yehowa ƒe aƒe ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe dzogoewo katã dzi le Yerusalem. Ewo nuxeƒewo ɖe Yuda-duwo katã me, ne woaɖo dzudzɔ na du bubu me tɔwo ƒe mawuwo, eye wòdo dziku na Yehowa, fofoawo ƒe Mawu la.

Kronika II 29:1-3

Xizkiya xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye wòdu fia ƒe blave va asieke le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Abiya, Zaxarya ƒe vinyɔnu. Eye wòwɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Dawid wo pɛpɛpɛ ene. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me le dzinu gbãtɔ me la enu Yehowa ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖo wo ɖo.

Kronika II 32:20-23

Ke fia Xizkiya kple nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, wodo gbe ɖa le nya sia ta, eye woɖo ɣli ɖo ɖe dziƒo. Tete Yehowa dɔ dɔlaa ɖe ɖa wòva tsrɔ̃ ŋutsu kalẽtɔwo katã, aʋakplɔlawo kple amegãwo le Asur-fia ƒe asaɖa la me, eye wògbugbɔ yi eƒe anyigba dzi kple ŋukpe. Eye esi wòyi eƒe mawuwo ƒe me la, eya ŋutɔ ƒe alimeviwo va dzae kple yi ɖe afima. Ale Yehowa xɔ na Xizkiya kple Yerusalemtɔwo tso Asur-fia Sanxerib kple amewo katã si me, eye wòna gbɔdzɔe wo godoo va kpe. Ame geɖewo he nunanawo va Yerusalem na Yehowa kple nu xɔasiwo na Yuda-fia Xizkiya. Tso ekema dzi la eƒe ŋkɔ ɖe du le dukɔwo katã dome.

Kronika II 32:31

Negbe esi wodɔ Babel-amegãwo ƒe ame dɔdɔwo do ɖee, be woabia nukunu, siwo dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ko Mawu gblẽe ɖi, be yeadoe akpɔ, ne yeanya nusiwo katã le eƒe dzi me.

Kronika II 33:1-9

Manase xɔ ƒe wuieve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu. Egagbugbɔ nuxeƒe, siwo fofoa Xizkiya gbã la tu, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo na Baalwo, ewɔ Aserawo, eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã hesubɔ wo. Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le be, yeƒe ŋkɔ anɔ le Yerusalem tegbee la me. Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuawo kple eve. Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne. Etso legba, si wòwɔ la, ɖo mawuxɔ me, xɔ, si ŋu Mawu gblɔ le na Dawid kple via Salomo bena: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo xɔ sia me tegbee kple Yerusalem, si metia le Israel-towo katã me la. Nyemena Israel ƒe afɔ nate ɖa le anyigba, si mena wo fofowo la dzi azɔ o, nenye be, wòlé nye sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo, siwo katã mena wo to Mose dzi la me ɖe, asi, eye wowɔ wo dzi ko. Ke Manase ble Yuda kple Yerusalem wowɔ nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel-viwo ŋgɔ.

Kronika II 33:10-13

Eye Yehowa ƒo nu kple Manase kple eƒe dukɔ la, ke womeɖo toe o. Eyata Yehowa na Asur-fia; ƒe aʋafiawo va ƒo ɖe wo dzi: wode ga Manase heɖe aboyoe, eye woɖe kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi Babel. Eye esi wòɖo xaxa me la, eƒo, koko le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi vevie le fofoawo ƒe Mawu la ŋku me. Edo gbe ɖa nɛ, eye wosee nɛ, eɖo to eƒe kokoƒoƒo, eye wògakplɔe va Yerusalem le eƒe fiaɖuƒe la me. Tete Manase dze sii be, Yehowa ye nye Mawu.

Kronika II 33:15-17

Eɖe mawu; tutɔwo kple legba la ɖa le Yehowa ƒe aƒe la me hekpe ɖe vɔsamlekpui, siwo katã wòɖi ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe to dzi kple Yerusalem la ŋuti, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe dua godo. Eɖi Yehowa ƒe vɔsamlekpui la, eye wosa akpedavɔ kple kafukafuvɔ le edzi, eye wòde se na Yuda be, woasubɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Negbe ɖeko dukɔ la gasa vɔ le nuxeƒewo, gake Yehowa ye wosanɛ na.

Kronika II 33:21-23

Amon xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe eve le Yerusalem. Ewɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase wɔ ene, eye Amon sa vɔ na legba, siwo katã fofoa Manase wɔ, eye wòsubɔ wo. Ke mebɔbɔ eɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase va bɔbɔ eɖokui ene o; ke boŋ Amon sia na vodada la sɔ gbɔ ɖe edzi.

Kronika II 34:1-4

Yosiya xɔ ƒe enyi, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe blaetɔ̃ vɔ ɖeke le Yerusalem. Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, eye wòto fofoa Dawid ƒe ʋe me, eye medze ɖe ɖusi alo mia me o. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me, esime wònye ɖekakpui ko la, ede asi fofoa Dawid ƒe Mawu la didi me, eye le ƒe wuievelia me la ede asi nuxeƒewo, Aserawo, aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖeɖe me ɖa le Yuda kple Yerusalem. Wogbã Baal ƒe vɔsamlekpuiwo kple ɣelegba, siwo le wo dzi la, le eƒe ŋku me, wòmũ Aserawo, eye wogbã aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo, eye wotu wo helɔ kɔ ɖe amesiwo sa vɔ na wo la ƒe yɔdowo dzi.

Kronika II 34:15-21

Tete Xilkiya xɔ edzi gblɔ na agbalẽŋlɔla Safan bena: Metɔ segbalẽ la le Yehowa-ƒe me! Eye Xilkiya tsɔ agbalẽ la na Safan. Safan tsɔ agbalẽ la vɛ na fia la, eye wòhe gbe vɛ na fia la gblɔ bena: Nusiwo katã wò dɔlawo ɖo la, wowɔ wo. Wòtrɔ ga, si wokpɔ le Yehowa-ƒe me la, hetsɔ na dɔnunɔlawo kple dɔwɔlawo. Emegbe agbalẽŋlɔla Safan gblɔ na fia la bena: Nunɔla Xilkiya tsɔ agbalẽa ɖe nam. Eye Safan xlẽe na fia la. Esime fia la se se la me nyawo la, edze eƒe awuwo. Eye fia la de se na Xilkiya kple Axikam, Safan vi, Abdon, Mixa vi, kple agbalẽŋlɔla Safan kpakple fía ƒe subɔla Asaya bena: Miyi ɖabia nu ɖe mía kple Israel kple Yuda ƒe ame susɔeawo ta le agbalẽ, si wòfɔ la me nyawo ŋuti. Elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si va mía dzi la, nu sẽ ŋutɔ, le esi mia fofowo melé Yehowa ƒe nyawo me de asi, eye womewɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o ta.

Kronika II 34:24-27

Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e kple liƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ, si woxlẽ na Yuda-fia me la, ava teƒe sia kple eme nɔlawo dzi; elabena wogblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, ne woatsɔ woƒe asinudɔwɔwɔwo katã ado dziku nam; eyata nye dɔmedzoe va nɔƒe sia dzi, eye enu matso o. Migblɔ na Yuda-fia, si dɔ mi da, be miaɖabia nu Yehowa ase la bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Nya, siwo nèse, na wò dzi bɔbɔ bɔlɔbɔlɔ, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò de anyi le Mawu ŋku me, le esi nèse nya, siwo wogblɔ de nɔƒe sia kple eme nɔlawo ŋuti megbe la; esi nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le ŋkunye me, eye nèdze wò awu heta avi le ŋkunye me la, eyata Yehowa be, ye hã yesee.

Kronika II 34:31-33

Eye fia la tsi tre ɖe enɔƒe, eye wòbia nu kple Yehowa be, yeadze Yehowa yome, eye yealé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nubabla ƒe nyawo, esiwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi. Eye wòna amesiwo katã le Yerusalem kple Benyamin la, ɖo nubabla la me, eye Yerusalemtɔwo zɔ ɖe Mawu, wo fofowo ƒe Mawu ƒe nubabla la nu. Yosiya ɖe, ŋunyɔnuwo katã le Israel-nyigba-wo katã dzi, eye wozi amesiwo katã le Israel la dzɔ be, woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la. Eye womete ɖa le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu le eƒe agbenɔɣi katã o.

Kronika II 36:2

Yoaxaz xɔ ƒe blave vɔ etɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia dzinu etɔ̃ le Yerusalem.

Kronika II 36:5

Yoyakim xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem; eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me.

Kronika II 36:9

Yoyaxin xɔ ƒe wuienyi, esime wòzu fia; eɖu fia dzinu etɔ̃ kple ŋkeke ewo le Yerusalem; eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me.

Kronika II 36:10

Esi ƒe trɔ la, fia Nebukadnezar do woɖakplɔe va Babel, eye wofɔ Yehowa ƒe aƒe me ŋu dɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, eye wòtsɔ nɔvia Zedekiya ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu.

Kronika II 36:11-14

Zedekiya xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye mebɔbɔ eɖokui na nyagblɔɖila Yeremya, amesi do Yehowa ƒe numegbe la o. Edze aglã ɖe fia Nebukadnezar, amesi na wòta Mawu nɛ la hã ŋu, esẽ ʋu me, eye wosẽ eƒe ta me, ale be metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o. Eye nunɔlawo ƒe amegãwo katã hã kple dukɔ la wɔ nu tovo geɖe le dukɔwo ƒe ŋunyɔnuwo katã nu, eye wodo gu Yehowa ƒe aƒe, si ŋu wòka le Yerusalem.

Kronika II 36:16-21

Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o. Eye wòkplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi ɖe woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe me, eye meve ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple amegã ɖeɖiwo nu o; etsɔ wo katã de asi nɛ. Eye wòlɔ Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo katã, gãwo kple sueawo, kple Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kpakple fia kple amegãwo ƒe kesinɔnuwo; etsɔ wo katã yi Babel. Wòtɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi, wòtɔ dzo woƒe fiasãwo katã, eye wogblẽ woƒe nu xɔasiwo katã. Ekplɔ amesiwo metsi yi nu o la, yi Babel, eye wòzu eya kple viawo ƒe dɔlawo, vaseɖe esime Persiatɔwo ƒe dziɖuɣi ɖo, bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.

Kronika II 36:22-23

Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la, — bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa ɖo Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena: Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye ɖe Yerusalem le Yuda. Eyata mi eƒe dukɔ la dome amesiame neyi, eye Yehowa, eƒe Mawu la, anɔ kplii!

Ezra 1:1-3

Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la — ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa nya Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena; Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye de Yerusalem le Yuda. Eyata mi eƒe dukɔ la dome amesiame neyi Yerusalem le Yuda, eye eƒe Mawu anɔ kplii, ne wòatu xɔ na Yehowa, Israel ƒe Mawu, si nye, Mawu le Yerusalem.

Ezra 10:14

Woaɖo míaƒe amegãwo na ameha blibo la, eye amesiame, si le míaƒe duwo me, ɖe nyɔnu tutɔwo la, nava le ɣeyiɣi tɔxɛ dzi, eve du la ƒe ame tsitsiwo kpe ʋɔnudrɔ̃lawo nakpe de wo ŋu, vaseɖe esime míana mía Mawu ƒe dɔmedzoe nu nafa de mía ŋu le nya sia ta.

Ester 3:1-4

Le nya siawo megbe la fia Axasweros do gã Haman, Hamedata vi, si nye Agagitɔ la, gãe edoe ɖe dzi, eye wotsɔ eƒe zikpui ɖo amegã, siwo katã le eŋu la tɔwo ŋgɔ. Fia ƒe ɖɔla, siwo katã le fia ƒe agbo me la, bɔbɔna dea la agu na Haman, elabena alea fia la de se le, eŋu; ke Mardoxai mebɔnɔna nɛ o, eye mede ta agu hã o. Tete fia ƒe dɔla, siwo le na ƒe agbo me la, gblɔna na Mardoxai bena. Nukaŋuti nele fia ƒe se dzi dam? Esime wole alea gblɔm nɛ gbesiagbe, ke medo toe na wo o la, woɖagblɔe na Haman be, yewoakpo be, woalɔ̃ ɖe Mardoxai ƒe nuwɔwɔ dzi loo; elabena egblɔ be, Yuɖatɔ yenye.

Ester 3:12-15

Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete. Tete wode agbalẽ la duxɔlawo si ɖo ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi, be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, woawu wo, eye woagblẽ wo, ɖeviwo kple tsitsiawo, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa le ŋkeke ɖeka dzi le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo. Agbalẽ la me nya enye si: Woade se le anyigba vovovoawo dzi, eye woana dukɔwo katã nanyae, ne woadzra ɖo ɖi le ŋkeke sia dzi. Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.

Ester 5:1-3

Le ŋkeke etɔ̃agbe la Ester do fiawu, eye wòyi fiasã ƒe xɔxɔnu emetɔ, si le fia ƒe xɔ ŋgɔ la. Fia la bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le fiasã me dze ŋgɔ aƒe la ƒe ʋɔtru. Ke esi fia la kpɔ fiasrɔ̃ Ester wòtsi tre ɖe xoxɔnua la, eve enu; eye fia la lé sikafiatikplɔ ɖe asi do ɖe Ester; tete Ester te va heka asi fiatikplɔ la ta me. Fia la gblɔ nɛ bena: Fiasrɔ̃ Ester, nya ka dzɔ ɖe dziwò, eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃e hã la, woatsɔe ana wò!

Hiob 9:24

Wotsɔ anyigba de asi na nu vlo wɔlawo, eye wòtsyɔ nu mo na woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye eyae o la, ekema amekae wɔe?

Hiob 34:17

Ɖe amesi lé fu nya dzɔdzɔe la, ale ŋu aɖu dzia? Eye ɖe nébe, yeabu fɔ dzɔdzɔetɔ, si nye ŋusẽtɔ la?

Hiob 34:18

Ɖe wokpɔ mɔ agblɔ na fia be: yakame, eye na amegã be: ame vɔ̃ɖia?

Psalmowo 2:1-4

Nukaŋuti dukɔwo le nyanyrãm, eye anyigba dzi dukɔwo le tame bum dzodzro? Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu. Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu! Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.

Psalmowo 2:6-11

Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi. Mele tameɖoɖo la gblɔ ge afia: Yehowa gblɔ nam be: Vinye nènye, egbea medzi wò. Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe! Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo ahe zemela ƒe ze ene! Eyata mi fiawo, mídze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo! Misubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃, eye mitso aseye kple dzodzo nyanyanya!

Psalmowo 9:17-20

Ame vɔ̃ɖiwo kple dukɔ, siwo katã ŋlɔ Mawu be la, negbugbɔ yi tsiẽƒe. Elabena womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o, eye hiãlɔwo ƒe mɔkpɔkpo mabu tegbee o. Tso, Yehowa, megana amegbetɔ ƒe alɔ naɖe dzi o! Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me! Yehowa, do ŋɔdzi na wo, ne dukɔwo nadze sii be, amegbetɔwo yewonye! Sela.

Psalmowo 10:16

Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.

Psalmowo 11:5

Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.

Psalmowo 22:27-28

Anyigba ƒe mlɔenuwo katã aɖo ŋku edzi atró ɖe Yehowa ŋu, eye dukɔwo ƒe ƒomeawo katã ade ta agu ɖe ŋkuwò me. Elabena Yehowa tɔ enye fiaɖuƒe la, eye wòle fia ɖum ɖe dukɔwo dzi.

Psalmowo 24:10

Ameka goe henye bubufia la? Yehowa Zebaot ye, eyae nye bubufia la! Sela.

Psalmowo 33:10-12

Yehowa tɔtɔ dukɔwo ƒe adaŋudede me, eye wògblẽ anyigba dzi dukɔwo ƒe tameɖoɖo me. Yehowa ƒe adaŋudede li tegbee, eye eƒe dzimesusuwo tso dzidzime yi dzidzime. Woɔyra dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye; dukɔ, si wòtia wɔ domenyinu na eɖokui.

Psalmowo 47:2-8

Elabena ŋɔdzi le Yehowa dziƒoʋitɔ la ŋu, fia gã wonye ɖe anyigba blibo la dzi. Etsɔ dukɔwo ɖe mía te kple sesẽ, eye wòɖe anyigbadzitɔwo míaƒe afɔ te. Etia míaƒe domenyinu na mí, si nye Yakob, amesi wòlɔ̃na la, ƒe adegbeƒonu. Sela. Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa kple kpẽ ƒe ɖiɖi. Midzi kafukafuha na Mawu, midzi kafukafuha hee! Midzi kafukafuha na mía fia la, midzi kafukafuha! Elabena Mawue nye fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi nufiameha! Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi, Mawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.

Psalmowo 95:3

Elabena Mawu gã enye Yehowa kple fia ga de mawuwo katã dzi.

Psalmowo 98:6

ɖe dze kple kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu! Mitso aseye le Yehowa, fia la ŋku me!

Psalmowo 102:15

Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbawo dzi fiawo avɔ̃ wò ŋutikɔkɔe.

Lododowo 8:15-16

Dzinyee fiawo tonu ɖua fia eye amegãwo ɖea se dzɔdzɔe. Dzinyee tatɔwo tona ɖua amegã, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo katã nyea ame ŋkutawo.

Lododowo 14:34-35

Dzɔdzɔenyenye ɖoa dukɔ ɖe dzi; ke nuvɔ̃ enye anyigbadzitɔwo ƒe ahɔhlɔ̃bɔbɔ. Dɔla nyanu ƒe nu anye fia ŋu; ke ado dziku ɖe esi wɔa ŋukpenanu la ŋu.

Lododowo 16:10-15

Afiatsotso le fia ƒe nuyiwo me; eƒe nu mada le ʋɔnudɔdrɔ me o. Nudanu nyui kple nudada nyui tso Yehowa gbɔ, eƒe nuwɔwɔ enye nudakpewo le akplo me? Nu vɔɖi wɔwɔ enye ŋunyɔ na fiawo; elabena dzɔdzɔenyenye nana fiazikpui lia ke. Nuyi dzɔdzɔe dzea fiawo ŋu; eye amesi ƒe nyawo le eteƒe la, wolɔ̃na. Fia ƒe dziku enye ku ƒe dɔla; ke nunyala faa dzi nɛ. Ne fia ƒe mo kɔ la, agbee wònye, eye eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe adametsiɖoɖo ene.

Lododowo 19:10-12

Agbe vivi nɔnɔ medze bometsila o, ʋuu keke kluvi nahayi aƒetɔ ɖu ge ɖe amegãwo dzi o. Amesi gbee dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wonye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu. Fia ƒe nyanyrã le abe dzatavi ƒe gbetete ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu le gbe dzi ene.

Lododowo 20:2

Ŋɔdzi, si le fia ŋu la, le abe dzata ƒe gbetete ene, amesi do adãe la, eto vo ɖe eya ŋutɔ ƒe agbe ŋu.

Lododowo 20:8

Fia, si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, ƒe ŋku dea vovo vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã me.

Lododowo 21:1

Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.

Lododowo 24:21-22

Vinye, vɔ Yehowa kple fia la, eye megado ka kple godzelawo o; elabena woƒe gbegblẽ aƒo ɖi kpo yi, eye ameka nya woa kple eve la ƒe dzɔgbevɔ̃e?

Lododowo 25:2-7

Mawu ƒe bubue wònye be, wòaɣla nya, eye fiawo ƒe bubu wònye be, woadzro nye me. Alesi dziƒo kɔ, eye anyigba gogloe la, nenema fiawo ƒe dzimedzodzro meli o. Ne woɖe aŋuka ɖa le klosalo ŋu le ekema edzana keŋkeŋ. Ne woɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia ŋku me la, ekema dzɔdzɔenyenye ali ke eƒe fiazikpui. Megadi bubu na ɖokuiwò le fia ŋku me o, eye megatsi tre ɖe ame ŋkutawo nɔƒe o; elabena ne wogblɔ na wò be: „Te va dzi gome!“ enye wu esi woabɔbɔ wò de anyi le bubume, si nékpɔ hafi la ŋku me.

Lododowo 28:15-16

Ame vɔ̃ɖi si le dukɔ dahe dzi ɖum la, le abe dzata ɖegbe kple sisiblisi dɔwui ene. Amegã, si ɖo ko le gɔmesese me la, ameteteɖeanyi bɔ ɖe esi; amesi lé fu amebaba la, anɔ agbe didie.

Lododowo 29:2-4

Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse. Amesi lɔ̃a nyateƒe la, doa dzidzɔ na fofoa, ke amesi doa ka kple gbolowo la, gblẽa kesinɔnuwo dome. Dza dzɔenyenye fia tsɔna lia ke anyigba; ke adzɔxɔla gblẽnɛ.

Lododowo 29:12-14

Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã. Ame dahe kple ameteɖeanyila wodoa go wo nɔewo; amesi nana woa kple eve la ƒe ŋku dzi kɔna la, enye Yehowa. Fia, si drɔ̃a ʋɔnu na ame dahewo le nyateƒe me la, eƒe fiazikpui ali ka tegbee.

Lododowo 31:4-5

Lemuel, menye fiawo ƒe dɔ o, wein nono menye fiawo ƒe dɔ o, eye aha muame menye amegãwo ƒe dɔ o! Ne magano aha aŋlɔ se la be, eye wòatrɔ gbo nya na hiãtɔwo katã o!

Nyagblɔla 8:2-4

Mebe: Dzra fia ƒe sedede ɖo le Mawu ƒe atam la te. Wò afa megatsɔ nadzo le esia gbɔ o; megaɖo nya vɔ̃ me o; elabena nusianu, si dze eŋu la, awɔe. Esi wònye ŋusẽ le fia ƒe nya ŋu ta la, ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nele?

Nyagblɔla 10:20

Megado ɖiŋu na fia le wò tamesusuwo me o, eye megado ɖiŋu na kesinɔtɔ le wò xɔgã me o, elabena dziƒoxeviwo atso gbeɖiɖi la ayii, eye xewo aɖato nya la.

Yesaya 1:7-10

Miaƒe anyigba zu gbegbe; dzo fiã miaƒe duwo, eye du bubu me tɔwo ɖu miaƒe agble le mia ŋku me, eye wòzu gbegbe, abe alesi wogblẽ Sodom ene. Eye Zion-nyɔnuvi tsi anyi abe agbadɔ le weingble me, abe miaƒe le adzamatregble me kple du, si woɖe to ɖo la ene. Ɖe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí o la, anye ne esuso vie ko miele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora! Mi Sodom-amegãwo, mise Yehowa ƒe nya, mi Gomora-dukɔ, miƒu to anyi ɖe mía Mawu ƒe nufiame ŋu!

Yesaya 1:13-14

Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam. Dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒẽɖeɖe takpegbewo la, nyemate ŋu ado dzi atsɔ alakpa kple takpekpewo o! Melé fu miaƒe dzinu yeyewo kple miaƒe ŋkekenyuiewo, wòzu agba nam, eye wo tsɔtsɔ glom.

Yesaya 2:4

Adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye woatso nya me na dukɔ geɖewo; woatso woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatso woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatso yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋa wowu hã azɔ o.

Yesaya 8:12

Migayɔ nusiwo katã dukɔ sia yɔna be nugbeɖoɖo la, be nugbeɖoɖo o, migavɔ̃ nusi wovɔ̃na la o, eye megadzi ŋɔ na mi o.

Yesaya 9:6-7

Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.

Yesaya 13:19-20

Ale woava me na Babel, si nye fiaɖuƒewo ƒe nu vevi kple Kaldea-tɔwo ƒe adegbeƒoƒo kple atsyɔ la, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene. Womatso aƒe ɖe afima akpɔ o tegbee, eye wòatsi anyi aƒedoe tso dzidzime yi dzidzime, Arabiatɔwo matu agbadɔ ɖe afima o, eye lãkplɔviwo mana lãwo natsyɔ akɔ ɖe afima o;

Yesaya 14:4-5

be ado hamelo sia ɖa ɖe Babel-fia ŋu agblɔ bena: Funyafunyawɔwɔ nu tso, eye ŋutasesẽ wu enu! Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ati, dziɖulawo ƒe atikplɔ,

Yesaya 24:5-6

Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la. Eyata fiƒode le anyigba ɖum, eye edzi nɔlawo akpɔe ɖe enu. Eyata anyigbadzitɔwo afia kolikoli, eye amegbetɔ ʋeea ɖewo kɔe asusɔ.

Yesaya 32:1

Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.

Yesaya 33:22

Elabena Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.

Yesaya 44:28

eya, amesi gblɔ na Kores be: Nye lãkplɔvi nenye! Eyae awɔ nye ɖiɖiwo katã ade goe, eye wòagblɔ na Yerusalem be, woatsoe, eye na gbedoxɔ be, woaɖo egɔme anyi!

Yesaya 45:1

Ale Yehowa gblɔ na Kores, eƒe amesiamina la, amesi ƒe nuɖusi melé, ne mafanya dukɔwo le eŋgɔ, eye matu ali dzi na fiawo, maʋu ʋɔwo le eŋku me, eye agbowo matsi dodo o la, ènye si:

Yesaya 60:12

Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.

Yeremya 1:10

Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu, nalã nu, eye nagbã nu, natsrɔ̃ nu, eye nagblẽ nu, natso aƒe, eye naƒã nu!

Yeremya 5:11

Yehowa be: Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe dze go ɖem.

Yeremya 5:15

Yehowa be: Israel ƒe aƒe, eyata makplɔ dukɔa ɖe tso didiƒe ava ƒo ɖe mia dzi, dukɔ sẽnu wònye, blema dukɔ wònye, dukɔ, si ƒe gbe mènya o, eye mèsea eƒe nuƒoƒo me hã o.

Yeremya 6:13

Elabena wo katã wonye amebalawo tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi; wo katã wonye alakpatɔwo tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi.

Yeremya 10:10

Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.

Yeremya 12:17

Ke ne womeɖo to o la, ekema maho dukɔ sia ɖa, eye matsrɔ̃e gbidigbidi, Yehowa ye gblɔe.

Yeremya 18:5-10

Tete Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ mi, abe alesi zemela sia wona ene oa? Israel ƒe aƒe, kpo ɖa, alesi tsu le zemela si mee la, nenema miele asinye mee! Fifia meƒo nu kple dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe, be mahoe ɖa, magbãe, eye matsrɔ̃e; ke ne dukɔ ma trɔ tso eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, si ŋu meƒo nu le me la, ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔe la, avem. Ɣebubuɣi la meƒo nu le dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe ŋu be, matsoe, eye made eƒe agunu to; ke ne ewo nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye meɖo to nye gbe o la, ekema nyuie, si megblɔ be, mawo nɛ la, avem.

Yeremya 25:26-27

na anyiehe fiawo katã, esiwo le kpuiƒe kple adzɔge tso wo nɔewo gbɔ, kple xexeme fiaɖuƒe, siwo katã le anyigba dzi; eye Sesax-fia anoe ɖe wo yome. Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mino aha miamu, eye miɖe xe, midze anyi, eye migafɔ o, le yi, si maɖo ɖe mia dome la ta.

Yeremya 25:32-36

Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, eye wode zi ahom gã me le anyigba ƒe mlɔenu. Yehowa ƒe amesiwo wowu le ŋkeke ma me la, woanɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenu; womafa na wo o, womaƒo wo nu ƒu o, eye womaɖi wo o, eye woazu aɖuɖɔ le agble me. Mifa avi, mi lãkplɔviwo, mido aƒa, eye miƒo togotogoe, mi lãha ƒe bubumewo, elabena miaƒe azã de, ne woawu mi, eye makaka mi ahlẽ, ne mianɔ abe agba xɔasi, si ge dze anyi ene! Sitsoƒe abu ɖe lãkplɔviwo, eye sisi abu ɖe lãha ƒe bubumewo. Lãkplɔviwo ƒe ɣli kple lãha ƒe bubumewo ƒe avi le ɖiɖim; elabena Yehowa gblẽ woƒe lãnyiƒe,

Yeremya 29:7

Midi du, si me mena woɖe aboyo mi yi la fe nyuie, eye mido gbe ɖa na Yehowa ɖe eta; elabena ne eme nyo nɛ la, eme anyo na miawo hã.

Yeremya 50:23

Aleke anyigba blibo la ƒe zũ gbã, eye wòkaka ale? Aleke Babel zu ŋɔdzinu le dukɔwo dome ale?

Yeremya 51:6-7

Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, ne míagatsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me o, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia; nusi wòwɔ la, eya teƒe woaɖo nɛ. Sikakplu enye Babel le Yehowa si me, si na anyigba blibo la mũ aha; dukɔwo no eƒe wein, eyata dukɔwo le ya mum sagãsagã ɖo.

Yeremya 51:53

Ne Babel lia dziŋgɔli me, eye eƒe mɔ̃ sesẽwo mele lialia o hã la, nugblẽla atso gbɔnye ava ƒo ɖe edzi, Yehowa ye gblɔe.

Yeremya 51:57-58

Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe. Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woagbã Babel ƒe gli kekeawo vaseɖe agunu ke, eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔwo, ale be wòanye ɖeko dukɔwo wɔ dɔ ɖe ya me, eye anyigbadzitɔwo ku kutri hena dze.

Daniel 2:21

Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;

Daniel 2:36-45

Drɔe la nye esia, Azɔ miaɖe egɔme na fia la. Wò fia, si nye etiɔwo ƒe fia, amesi dziƒo ƒe Mawu la tsɔ fiaɖuɖu, ŋusẽ, kamesesẽ kple bubu na, wò amesi wòtsɔ nu gbagbewo katã, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asi na, eye wòtsɔ wò ɖo aƒetɔ ɖe wo katã nu la, wòe nye sika ta la. Ke fiaɖuƒe bubu ava ɖe yowòme, si anɔ ʋee wu tɔwò; emegbe fiaɖuƒe etɔ̃lia ava, si nye akɔblitɔ, eye wòaɖu anyigba blibo la dzi. Fieɖuƒe enelia asesẽ abe gayibɔ ene, elabena gayibɔ ƒoa nuwo katã, eye wògbãa wo gudugudu; alesi gayibɔ gbãa nui la, nenema wòaƒo ekemeawo katã, eye wòagbã wo gudugudui. Esi nékpɔ be, afɔwo kple afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye tsu, eye akpaa ɖewo nye gayibɔ la, nenema fiaɖuƒe la amãe; gayibɔ ƒe sesẽ anɔ eme, elabena ékpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka. Alesi afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye gayibɔ, eye akpaa ɖewo nye tsu la: nenema fiaɖuƒe la ƒe akpaa ɖe asesẽ, eye akpaa ɖe masesẽ o. Eye alesi nèkpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka la, nenema woatsaka kple amegbetɔwo ƒe ƒomeawo, ke womalé ɖe wo nɔewo ŋu o, abe alesi gayibɔ kple tsu menye tsakana o ene. Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee. Elabena ékpɔ kpea ɖe, si ame ƒe asi meɖa o la, ge tso to dzi va gbã gayibɔ, akɔbli kple tsu, klosalo kple sika la. Mawu gã lae ɖe nusi gbɔna gbaɖegbe la fia fia la. Drɔ̃e la le eme, eye eƒe gɔmeɖeɖe le eteƒe.

Daniel 2:46-49

Tete fia Nehukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu ɖe Daniel ŋku me, eye wòɖe se be, woasa va, eye woado dzudzɔ ʋeʋèe nɛ. Tete fia la gblɔ na Daniel bena; Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo defiala; elabena èle ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia. Eye fia la de bubu Daniel ŋu, eye wòtsɔ nunana gã geɖewo nɛ, etsɔe ɖo Babel-nyigba blibo la nu, eye wòtsɔe ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe. Eye Daniel ɖe kuku na fia la wòtsɔ Babel-nyigba ƒe dziɖuɖudɔwo de asi na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego. Ke Daniel ŋutɔ ya nɔ fiaƒe me.

Daniel 3:1-7

Eye fia Nehukadnezar wɔ sikalegba wòkɔ abɔklugui blaade, eye wòkeke abɔklugui ade; eye wòtsɔe li anyi ɖe Dura-bali la me le Babel-nyigba dzi. Eye fia Nebukadnezar dɔ amewo ɖo ɖa, be woaɖaƒo amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnuɖrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, sefialawo, ʋɔnuɖrɔ̃lawo kple anyigbawo ƒe dziɖuɖu dɔwɔlawo katã nu ƒu, ne woava akɔ legba, si fia Nebukadnezar li anyi la ŋu. Tete amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, sefialawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple anyigbawo ƒe dziɖuɖu dɔwɔlawo katã ƒo wo ɖokui nu ƒu, be woakɔ legba, si fia Nebukadnezar li anyi la ŋu, eye wotsi tre ɖe legba, si Nebukadnezar li anyi la ŋgɔ. Eye gbeƒãɖela ɖo ɣli sesie bena: Mi dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, wole se dem na nu be: Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, miadze klo ado gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la! Ke amesi medze klo do gbe ɖa o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe kpo, si me dzo le bibim le la me enumake! Eyata esi dukɔwo katã, anyigbɔ dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo nya se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo kple saŋkuwo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, wo katã wodze klo hedo gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la.

Daniel 3:8-15

Enumake Kaldea-ŋutsuwo va tso Yudatɔwo nu. Eye woxɔ edzi gblɔ na fia Nebukadnezar bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Wò fia, ède se bena, ne amesiame se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo kple venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, wòadze klo ado gbe ɖa na sikalegba la; ke amesi medze klo hedo gbe ɖa o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo, si le bibim la me. Yuda-ŋutsu, siwo netsɔ ɖo Babel-nyigba ƒe dziɖuɖu ɖɔ nu: Saɖrax, Mesax kple Abed-Nego la, fia ƒe se la metsɔ fu lã me na wo o, womesubɔ wò mawuwo o, eye womedo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o. Enumake Nehukadnezar ɖe se le dɔmedzoe kple dziku me be, woaɖakplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego vɛ; eye wokplɔ ŋutsu siawo vɛ na fia la. Tete Nebukadnezar xɔ edzi gblɔ na wo bena: Saɖrax, Mesax kple Abeɖ-Nego, yavãe miegbe be, yewomasubɔ nye mawu, eye míado gbe ɖa na sikalegba, si meli anyi la oa? Eyata miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, seŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne mieɖo gbe ɖa nɛ o le ekema woatsɔ nu aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?

Daniel 3:16-23

Tete Sadrax, Mesax kple Abed-Nego woɖo ŋu gblɔ ne fia la bena: Nebukadnezar, nya sia ŋuɖoɖo meve mi o. Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, me ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mi tso wò fia si me. Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye mlaɖo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o. Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã. Eye wòɖe se na ŋutsu sesẽ, siwo le eƒe aʋakɔa me la be, woabla Sadrax, Mesax kple Abed-Nego atsɔ aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. Tete ŋutsuawo bla wo, woƒe agbotɛwo, dziwuiwo kple awu ʋlayawo kpakple avɔwo le wo ŋu, wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. Eye dzoƒaɖewo wu ŋutsu, siwo kplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego yii la, elabena fia ƒe se la sesẽ, eye wodo kpodzo la wògbɔ eme. Ŋutsu etɔ̃awo Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wole babla wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me.

Daniel 3:24-27

Tete fia Nehukadnezar ƒe nu ku, eye wòtso zi ɖeka kplà gblɔ na eƒe adaŋudelawo bena: Ɖe menye ŋutsu etɔ̃e míebla tsɔ ƒu gbe de dzoa me oa? Woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ẽ, fia! Exɔ edzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mele ŋutsu ene kpɔm, ka tu le wo ŋu, eye wole tsatsam le dzoa me, eye womexɔ abi o; enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi la ene. Tete Nehukadnezar te ɖe kpodzo bibi la ŋu hexɔ edzi gblɔ bena: Sadrax, Mesax kple Abed-Nego, mi dziƒoʋĩtɔ la viwo, mido va! Enumake Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wodo tso dzoa me. Eye amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo kple fia ƒe adaŋudelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye wode ŋku ɖe ŋutsuawo hekpɔ be, dzo mewɔ naneke ŋuli na wo o, eye woƒe taɖa mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu o.

Daniel 3:28-30

Tete Nehukadnezar xɔ edzi gblɔ bena: Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòade eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasuhɔ mawu bubua ɖeke alo aɖo gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o. Eyata se, si dem mele, enye si: Ne amea ɖe gblɔ nya tovoa ɖe ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu ŋu le dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔglɔwo katã dome la, woaflii kakɛkakɛ, eye eƒe eƒe azu aɖukpo; elabena mawu bubua ɖeke meli ate ŋu aɖe ame abe eya ene o. Emegbe fia la na ame nyo na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego le Babel-nyigba dzi.

Daniel 4:1-3

Fia Nehukadnezar ƒe nya na dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi, enye si: Eme nenyo na mi! Enye nye didi be, matsɔ dzesi kple nukunu, siwo Mawu dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la, aɖe gbe ƒãe. Eƒe dzesiwo lolo, eye eƒe nuku nuwo tri akɔ loo! Eƒe fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye eƒe dziɖuɖu le ƒomewo katã me!

Daniel 4:17

Esia nyee dzɔlawo ƒe tameɖodo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo ado wo nu.

Daniel 4:25

Woanyã wò da la emegbetɔwo dome, eye ànɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, eye woana dziƒo zãmu naƒo wò, vaseɖe esime azã adre nu nayi na wò, ne nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.

Daniel 4:27

Eyata fia, na nye adaŋudede nadze ŋuwò: Tsɔ dzɔdzɔenyenye ƒle wò nuvɔ̃wo me, eye natsɔ dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo ƒle wò vodadawo tae; amea ɖe menya nu o ãgbɔ ɖe eme eteƒe nadidi hĩ.

Daniel 4:28-33

Nusiawo katã va fia Nebukaɖnezar dzi. Le dzinu wuieve megbe, esime fia la le tsa ɖim le fiasã ta me le Babel la, exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa? Esi fia la mekpɔ ɖe nu le nyaa me o la, gbe ɖi tso dziƒo be: Fia Nebukadnezar, xɔ gbe se: Woxɔ fiaɖuƒe la le asiwò; woanyã wo le amegbetɔwo dome, eye anɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, vaseɖe esime azã adre nu nava yi na wò, eye nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana. Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.

Daniel 4:34-37

Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me. Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye amea ɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o. Nye mo gakɔ le ɣemaɣi, eye nye fiaɖuƒe ƒe bubu, nye ŋutikɔkɔe kple nye atsyɔ̃ gasu asinye; nye adaŋuɖelawo kple nye amegãwo di yonyeme mɔ, wogatsɔm ɖo nye fiaɖuƒe la nu, eye nye gãnyenye sɔ gbɔ ɖe dzi. Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.

Daniel 5:11

Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,

Daniel 5:18-21

Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar. Vɔvɔ̃ do dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, eye wodzo nyanyanya le ŋusẽ, si wonae la ta; ne elɔ̃ la, ewua ame, ne elɔ̃ la, exɔa ame ɖe agbe; ne elɔ̃ la, edoa ame ɖe dzi, eye ne elɔ̃ la, ebɔbɔa ame de anyi. Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi. Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.

Daniel 5:22-31

Ke wò, via Belsazar, mèbɔbɔ wò dzi ɖe anyi o, evɔ wònye ènya nusiawo katã hafi. Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o. Eyata wòdɔ asi sia ɖa, wova ŋlɔ nusia ɖo. Nusi wòŋlɔ la enye si: Mene, mene, tekel, ufarsin. Nye la gɔme enye si: Mene: Mawu xlẽ wò fiaɖuƒe, eye wòɖo nuwuwu na wò. Tekel: Woɖa wò le nuɖanu me, ke èle hodzoe akpa. Peres: Woamã wò fiaɖuƒe la atsɔ na Mediatɔwo kple Persiatɔwo. Tete Belsazar de se be, woata aɖahɛ na Daniel, woatsɔ sika kɔsɔkɔsɔ ade kɔ nɛ, eye woado kpo le eŋgɔ be, eyae nye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me. Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar. Mediatɔ Dario xɔ fiaɖuƒe la, esime wòtsi xɔ ƒe blaade vɔ eve.

Daniel 6:1-9

Eye Dario kpɔ be, enye, ne yeaɖo amegã alafa ɖeka kple blave fiaɖuƒe la nu, amesiwo anɔ fiaɖuƒe blibo la me. Eɖo tatɔ etɔ̃ wo nu, amesiwo dome Daniel le; woawoe amegãwo nabu akɔnta na, ne fia la magaŋe ɖe eme o. Eye Daniel ƒo tatɔawo kple amegãawo ta, elabena gbɔgbɔ triakɔ le eme; eye fia la ɖo be, yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu. Tete tatɔawo kple amegãawo di nya le Daniel ŋu le dziɖunya gome, ke womete ŋu kpɔ nya alo nu gbegblẽ wɔwɔa ɖeke o, elabena eɖi anukware, eye womekpɔ vototo alo nu gbegblẽ wɔwɔ le eŋu o. Eye ŋutsuawo gblɔ bena: Míele nyaa ɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko. Tete tatɔwo kple amegãwo va fia la gbɔ bibibi, eye wogblɔ nɛ bena: Fia Dario nenɔ agbe tegbee! Fiaɖuƒe la ƒe tatɔwokatã, anyigbanunɔlawo, amegãwo, aɖaŋudelawo kple dzikpɔlawo de adaŋu be, fia la naɖo ɖoɖo, eye wòade se sesẽa de be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbelɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me. Eyata fia, ɖo kpe se la dzi, eye nade ŋkɔ ete be, tɔtrɔ maganɔ eŋu o ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu. Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.

Daniel 6:10-15

Esi Daniel se be, wode ŋkɔ nuŋɔŋlɔa te la, eyi eƒe me le dziƒoxɔ, si ƒe fesrewo nu ɖo ta Yerusalem la me, eye wòdze klo do gbe ɖa na eƒe Mawu hekafui gbe ɖeka zi etɔ̃, abe alesi wòwɔna tsã ene. Tete ŋutsu mawo ge ɖe eme, eye wokpɔ Daniel wole gbe dom ɖa hele koko ƒom le eƒe Mawu ŋku me. Tete wova fia la gbɔ ƒo nu kplii le fia ƒe se la ŋu bena: Ɖe mèŋlɔ ŋkɔ ɖe sea te be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbetɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me oa? Fia la ɖo ŋu gblɔ bena: Nya la le eme ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu. Emegbe woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ke Daniel, amesi nye Yuda ƒe aboyoviawo dometɔ ɖeka la, meléa afɔ ɖe fia la kple se, si te wòŋlɔ ŋkɔ ɖo la ŋu o, eye wòdoa gbe ɖa gbe ɖeka zi etɔ̃. Esi fia la se nya sia la, evee ŋutɔ, eye wòɖo be, yeaɖe Daniel; edze agbagba, vaseɖe esime ɣe ɖo to be, yeaɖee. Tete ŋutsu mawo va fia la gbɔ bibibi gblɔ na fia la bena: Fia, nyae be, se wònye na Mediatɔwo kple Persiatɔwo be, se sia se kple ɖoɖo sia ɖoɖo, si dzi fia ɖo kpee la, tɔtrɔ megale eŋu o.

Daniel 6:16-18

Tete fia la de se wokplɔ Daniel ɖaƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, neɖe wò! Womli kpe va ɖo do la nu, eye fia la tsɔ eƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe amegãwo ƒe ŋkɔsigɛ tre enu, be nya bubua ɖeke magadzɔ ɖe Daniel dzi o. Emegbe fia la yi eƒe fiasã me, eye wotsi nu dɔ, womekplɔ nyɔnu vɛ nɛ o, eye wòtsi zãdomadɔlɔ̃e.

Daniel 6:19-23

Eye fia la fɔ ŋdi kanya, esime agu dze, eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ. Esi wova doa gbɔ la, edo avisimegbee yɔ Daniel; fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Daniel, wò Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, te ŋu ɖe wò tso dzatawo si mea? Tete Daniel ƒo nu kple fia la be: Fia nenɔ agbe tegbee! Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo, be womewɔ nanekem o, elabena nyemeɖi fɔ le eŋku me o, eye nyemeɖi fɔ le wò fia ŋku me hã o. Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòɖe se be, woaɖe Daniel le do la me. Eye woɖe Daniel le ɖo la me, ke naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu.

Daniel 6:24-28

Eye fia la ɖe se be, woatsɔ ŋutsu, siwo tso Daniel nu, wo viwo kple wo srɔ̃wo aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do la me; ke womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzatawo tso wo xɔ, eye wogbã woƒe ƒuwo katã o. Emegbe fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi bena: Eme nenyo na mi! Nyee de se be, Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me, elabena Mawu gbagbe wònye, eye wòli tegbee, eƒe fiaɖuƒe nu meyina o, eye eƒe dziɖuɖu li vaseɖe nuwuwu. Eɖea ame, eye wòxɔna na ame, ewɔa dzesiwo kple nukunuwo le dziƒo kple anyigba dzi, eyae nye amesi ɖe Daniel tso dzatawo si me. Eme nyo na Daniel le Dario ƒe dziɖuɣi kple Persiatɔ Kores ƒe dziɖuɣi.

Daniel 7:14

Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.

Daniel 7:17-18

Lã gã eneawo nye fia ene, siwo le anyigba dzi va ge. Fiaɖuƒe la asu dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo si, eye fiaɖuƒe la anɔ wo si me ɖaa tegbetegbe.

Daniel 7:19-20

Emegbe mebia nyee tsitoo le lã enelia, si to vovo tso bubuawo katã gbɔ, ŋɔdzi kple vɔvɔ le eŋu, eƒe aɖuwo nye gayibɔ, eye eƒe fewo nye akɔbli, eɖu nu gbã nu hefãnya mamlea kple afɔ; dzo ewo, siwo le eta, eye wo ame etɔ̃ tu le wo ŋu, kple dzo bubu, si to, eye ŋkuwo le eŋu, eto nu, si gblɔa nya gãgãwo, eye wòlolo wu bubuawo la ŋu.

Daniel 7:23-24

Ale wògblɔ esi: Lã enelia le fiaɖuƒe enelia nye ge le anyigba dzi, eye wòato vovo tso fiaɖuƒewo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la, eye wòafanyae ahagbãe gudugudu. Dzo ewoawo gɔme enye si: Fia ewo adzɔ le fiaɖuƒe ma me, eye bubu adzɔ ɖe wo yome ato vovo atso gbãtɔwo gbɔ, eye wòabɔbɔ fia etɔ̃ ɖe anyi.

Daniel 7:25-26

Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã. Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi.

Daniel 7:27

Woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ: eƒe fiaɖuƒe anye fiaɖuƒe mavɔ, eye dziɖulawo katã àsubɔe ahaɖo toe.

Daniel 11:27

Fia eveawo aɖo ta me ɖe gbegblẽ ŋu, eye woagblɔ alakpanya le kplɔ̃ ɖeka ŋu, ke madze edzi na wo o, elabena ɣeyiɣi woɖo na nuwuwu la.

Daniel 12:1

Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.

Hosea 8:4

Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.

Hosea 13:9-11

Israel, wò gbegblẽ wònye, be nètso de nye, wò xɔnametɔ ŋu. Afika wò fia le azɔ, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me, eye afika wò ʋɔnudrɔ̃lawo le, amesiwo ŋu nègblɔ le be: „Na fia kple amegãwom?“ Mena fia wò le nye dɔmedzoe me, eye magaxɔe le nye dziku me.

Yona 3:5-8

Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi. Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me. Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o, ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti.

Mixa 3:1-3

Eye megblɔ bena: Mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, ɖe menye mlaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa? Mi amesiwo léa fu nyui, eye mielɔ̃a vɔ̃, mievuvua agbalẽ lewo ŋu kple lã le woƒe ƒuwo ŋu. Mi amesiwo ɖua nye ɖukɔ ƒe lã, miefloa agbalẽ lewo ŋu, eye miegbãa woƒe ƒuwo; mieflia wo dea ze abe lã ene, eye abe lã le kutu me ene.

Mixa 3:9-10

Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe ta-tɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã; mi amesiwo tsɔa fʋu tsoa Zion kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ tsoa Yerusalem.

Mixa 4:3

Adrɔ̃ ʋɔnu na ɖukɔ geɖewo, eye wòatso nya me na anyigba dzi ɖukɔ geɖewo vaseɖe didiƒe ke. Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gohɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.

Mixa 5:2

Ke wò Betlexem Efrata, esi nènye suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewò Israel ƒe dziɖula le dzɔdzɔ ge atso nam, amesi dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.

ZAXARYA 14:9

Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.

ZAXARYA 14:16-19

Eye ava me be; ɖukɔ siwo kalã ho ana ɖe Yerusalem ŋu ƒe susɔeawo katã ava ƒe sia ƒe, be yewoaɖe la agu na fia Yehowa Zebaot, eye yewoaɖu agbaɖɔŋke-kenyule la. Ke anyigba dzi ƒomeawo ɖometɔ; si meyi Yerusalem, be yeaɖe ta agu na fia Yehowa Zebaot o la, tsi madza nɛ o. Eye ne Egipte-ƒome la meho va o la, ekema tsi madza na woawo hã o. Yehowa ƒe hiãkame ava dukɔ, siwo meva, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie o la dzi. Esia enye tohehe na Egipte kple dukɔ, slwo katã mava, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie la o.

Mateo 2:1-6

Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena: Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi. Ke esi fia Herodes se esia la, dzika tso eya kple Yerusalem katã ƒo. Eye esi wòƒo dukɔ la ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo katã nu ƒu la, edzro me bia wo afisi wodzi Kristo la le. Eye wogblɔ nɛ be: Le Betlexem le Yudea, elabena nenema woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi bena: „Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“

Mateo 2:13-15

Ke esi wodzo yi la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: „Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò: elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu. Tete wòfɔ, eye wòkplɔ ɖevi la kple dadaa le zã me hedzo yi Egipte; eye wònɔ afima vaseɖe Herodes ƒe ku megbe, bena nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila dzi la, nava ve me bena: „Keke Egipte ke meyɔ vinye la tsoe.“

Mateo 2:16

Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.

Mateo 4:8-10

Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔa ɖe dzi, eye wòde xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae, eye wògblɔ nɛ bena: Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo ɖe la agu nam. Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“

Mateo 6:24

Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.

Mateo 7:12

Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.

Mateo 10:17-20

Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo. Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge míala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge míala la mi. Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe Gbɔgbɔ lae nye amesi le nu ƒom le mia me?

Mateo 10:23

Ne woti mia yome le du sia me la, nusi yi ɖe bubua ɖe me; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o.

Mateo 14:1-2

Le ɣemaɣi me la dziɖula Herodes se Yesu ŋkɔ. Eye wògblɔ na eƒe dɔlawo bena: Yohanes mawutsidetanamela la enye esi; eyae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme alea.

Mateo 14:3-11

Elabena esi Herodes lé Yohanes la, eblae hede gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la ŋuti. Elabena Yohanes gblɔ nɛ bena: Womeɖe mɔ na wò be, naɖee o. Eye wòle didim be, yeawui; gake evɔ̃ ameha la, elabena wòbua eyama abe nyagblɔɖila ene. Ke esi woɖu Herodes ƒe dzigbe la, Herodia ƒe vinyɔnuvi la va ɖu ɣe le wo titina, eye wòdze Herodes ŋu. Eyata wòka atam do ŋugbe nɛ be, nusianu, si ke wòabia la, yeanae. Ke eya la, esi dadaa gblɔe ɖi nɛ tà, egblɔ bena: Tsɔ Yohanes mawutsidetanamela la ƒe ta de agba me nam le afii! Eye wòve fia la, gake le atam, si wòka, kple amesiwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii ŋuti la, eɖe se be, woatsɔe nɛ, eye wòɖo be, wòayi aɖatso Yohanes ƒe ta le enu le gaxɔ me. Eye wotsɔ eƒe ta de agba me vɛ, eye wotsɔe na nyɔnuvia, eye wòtsɔe yi na dadaa.

Mateo 17:24-27

Esi wova Kapernaum la, amesiwo dzaa ga la, va Petro gbɔ, eye wogblɔ bena: Alo miaƒe nuxala ya menaa mawuxɔ me nudzɔdzɔ o mahã? Eye wòbena: Enana! Eye esi wòva aƒe me la, Yesu tre ebiabia gblɔ bena: Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã? Egblɔ bena: Le amedzrowo si. Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema viwo le wo ɖokui si. Ke ne míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta nada ƒu, eye lã, si ke naɖe gbã la, lée, eye ne èke eƒe nu la, akpɔ ga; eyae natsɔ ana wo ɖe mía kpli wò ta.

Mateo 22:17-21

Eyaŋuti gblɔe na mi, nuka nèsusuna mahã? Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na kaisaro loo, womeɖe mɔ o mahã? Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo! Mifia nudzɔsika lam. Eye wotsɔ denario la va fiae. Yesu gblɔ na wo bena: Ameka ƒe nɔnɔme kple ŋɔŋlɔ enye esia mahã? Wodo ŋu nɛ bena: Kaisaro tɔe. Tete wògblɔ na wo bena: Ekema mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.

Mateo 23:34

Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,

Mateo 24:6-9

Eye miasa aʋa kple aʋaŋutiɣliwo; kpɔ ɖa, migaɖi vo o, elabena esiawo ava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o. Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo. Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze. Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.

Mateo 26:59-60

Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã le aʋatsoɖaseɖiɖiwo dim ɖe Yesu ŋuti, bena yewoawui; ke womekpɔ ɖeke o, eva wònye aʋatsoɖaseɖila geɖewo va hafi. Ke emegbe la aʋatsoɖaseɖila eve va gblɔ bena:

Mateo 26:67-68

Tete woɖe ta ɖe mo nɛ, wotu koe, eye amea ɖewo hã ƒo tome nɛ le gbɔgblɔm bena: Kristo, amekae ƒo wò, gblɔe fia mi.

Mateo 27:11-14

Eye Yesu le tsitre ɖe mɔ̃mefia la ƒe ŋku me, eye mɔ̃mefia la biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe. Eye esi nunɔlagãwo kple dumegãwo tso enu la, meɖo nyaa ɖeke ŋu o. Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ɖe mèle ɖase, si ɖim wole le ŋutiwò la, sem o mahã? Eye meɖo nyaku ɖeka hɔ̃ hã ŋu nɛ o, ale bena mɔ̃mefia la ƒe mowɔ yaa ŋutɔ.

Mateo 27:27-31

Tete mɔ̃mefia la ƒe asrafowo tso Yesu, eye wokplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye asrafoha blibo la katã ƒo ƒu ɖe eŋuti. Eye woɖe awu le eŋuti, eye wotsɔ awu dzi ʋlaya hedo nɛ. Eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ, eye wotsɔ ayeti de nuɖusi me nɛ, eye wodze klo ɖe eƒe ŋku me, ɖu fewu le eŋuti gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye woxɔ ayeti la ƒo tame nɛ. Eye esi woɖu fewu le eŋuti vo la, woɖe awu ʋlaya la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋuta ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.

Mateo 27:37

Eye woŋlɔ eƒe nutsonya ɖo tagbɔ nɛ bena; Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la, enye esi!

Mateo 27:42

Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye miaxɔ edzi ase.

Mateo 28:18

Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.

Marko 1:14-15

Ke esi wòlé Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu va Galilea hele gbe ƒã ɖem Mawu ƒe nyanyuie la bena: Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vo. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixa nyanyuie la dzi se!

Marko 6:14-16

Eye fia Herodes see; elabena eƒe ŋkɔ ɖi hoo, eye wòbena: Yohanes mawutsidetanamelae tsi tre tso ame kukuwo dome; eyaŋuti ŋusẽwo le dɔ wɔm le eme. Ke bubuwo gblɔ bena: Eliya ye; eye bubuwo bena: Nyagblɔɖilae abe nyagblɔɖilaewo dometɔ ɖeka ene. Ke esi Herodes see la, egblɔ bena; Yohanes, si nu metso ta le la, eyae tsi tre tso ame kukuwo dome.

Marko 6:17-28

Ke Herodes ŋutɔe dɔ wòlé Yohanes, eye wobiae de gaxɔ me le Herodia, si nye nɔvia Filipo srɔ̃ la, ŋuti, elabena eɖee. Elabena Yohanes gblɔ na Herodes bena: Womede mɔ na wò bena naxɔ nɔviwò srɔ̃ o. Eye Herodia lée de dɔme, eye wòle didim be, yeawui, ke mete ŋui o, elabena Herodes vɔ̃ Yohanes, amesi wònya bena, enye ame dzɔdzɔe kple ame kɔkɔe wònye la, eye wòkpɔ eta. Eye ne eɖo toe la, eɖoa xaxa me le nu geɖewo ŋuti, eye eƒe gbesese vivina nɛ. Eye le ŋkeke, si dze eƒe dzi ŋu dzi la Herodes tu aglo le eƒe dzigbeŋkeke dzi na eƒe amegãwo kple aʋafia gãwo kpakple Galilea-me ŋkutawo; eye esi Herodia vinyɔnuvi la ge de eme, eye woɖu ɣe la, edze Herodes kple amesiwo kpe ɖe eŋuti le kplɔ̃a ŋuti la ŋu; eye fia la gblɔ na nyɔnuvi la bena: Bia nusi ke nèlɔ̃ lam, eye mana wò. Eye wòka atam ne bena: Nusi ke nabiam la, mana wò vaseɖe nye fiaɖuƒe la ƒe akpa afã dzi. Eye esi wòɖo go yi la, egblɔ na dadaa bena: Nuka mabia mahã? Ke eya gblɔ bena: Bia Yohanes, mawutsidetanamela, ƒe ta. Eye enumake wòɖe abla va fia la gbɔ, eye wòbiae gblɔ bena: Meɖi bena, natsɔ Yohanes mawutsidetanamela ƒe ta nam le agba me fifilaasi. Eye wòve fia la ŋutɔ; gake la le eƒe atamkaka kple amesiwo le kplɔa ŋuti kpakplii ta la melɔ̃ be, yeagbe enana o. Eye enumake fia la dɔ eŋudzɔsrafo ɖeka ɖa, eye wòde se ne be, wòaɖatsɔ eƒe ta ve; eye wòyi, eye wòtso ta le enu le gaxɔ me, eye wotsɔ eƒe ta ɖe agba me ve, eye wòtsɔe na nyɔnuvi la, eye nyɔnuvi la tsoe na dadaa.

Marko 12:14-17

Eye esi wova la, wobiae bena: Nufiala, míenyae bena, nyateƒetɔ nènye, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o; elabena mèkpɔa ame ŋku me o; hafi boŋ nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe nu. Woɖe mɔ bena, woana nudzodzo kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa? Ɖe miana loo, alo miana o mahã? Ke esi wòdze si woƒe alakpadada la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mitsɔ denario la vɛ, ne makpɔ! Eye wotsɔe vɛ. Eye wògblɔ na wo bena: Ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔ enye sia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Kaisaro tɔe. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Nusi nye kaisaro ta la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu. Eye woƒe mo wɔ yaa ŋutɔ le eŋuti.

Marko 13:7-8

Ke ne miase aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo la, migaɖi vo o, ele be, esia nava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o. Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋuwo lava teƒeteƒewo, eye dɔwuame lava; nusiawo nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.

Marko 13:9-11

Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Eye ele be, woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã. Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae.

Marko 14:53-56

Eye wokplɔ Yesu yi ɖe nunɔlagã la gbɔ, eye nunɔlagãwo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo katã ƒo ƒu ɖe eŋuti. Eye Petro le eyome ʋĩ gbɔna vaseɖe nunɔlagã la ƒe mɔ̃ me, eye wòbɔbɔ nɔ dɔlawo gbɔ le dzo ƒum. Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã di ɖaseɖiɖi de Yesu ŋuti, bena yewoawui, eye womekpɔ ɖeke o. Elabena ame geɖewo va ɖi aʋatsoɖase ɖe eŋuti, eye woƒe ɖaseɖiɖia ɖeke mesɔ o.

Marko 14:63-65

Tete nunɔlagã la dze eƒe awu ʋlaya la gblɔ bena: Ɖaseɖila kawoe gahiã mi mahã? Miese eƒe busunya la, nuka susum miele mahã? Ke wo katã wobu fɔe be: Edze ku. Eye amea ɖewo de asi taɖeɖe me ɖe eŋu, eye wotsyɔ nu mo nɛ, eye wotu kɔe, eye wogblɔ nɛ bena Fia amesi ƒo wò; eye dɔlawo ƒo tome nɛ.

Marko 15:1-5

Eye enumake le ŋdikanya, esi nunɔlagãwo kple dumegãwo kple agbalẽfialawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo katã de adaŋu la, wòbia Yesu, eye wokplɔe yi ɖade asi na Pilato. Eye Pilato biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo eŋu nɛ gblɔ bena: Wòe gblɔe. Eye nunɔlagãwo tso enu le nu geɖe ŋuti. Eye Pilato gabiae bena Mèle nyaa ɖeke ŋu ɖo ge o mahã? Kpɔ alesi wole nuwò tsom le nu geɖewo ŋuti ɖa! Ke Yesu megaɖo nyaa ɖeke ŋu o, ale bena Pilato ƒe mo wɔ yaa.

Marko 15:9

Ke Pilato ɖo eŋu na wo gblɔ bena: Ɖe miele didim bena, maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋuti na mi mahã?

Marko 15:12-13

Eye Pilato gaxɔ edzi gblɔ na wo bena: Ekema nuka gɔ̃ miele ɖiɖim bena, mawo amesi mieyɔna be Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Ke woawo gado ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti!

Marko 15:15-20

Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti. Ke asrafoawo kplɔe yi ɖe xɔ gã, si nye ʋɔnuɖrɔ̃ƒe la me, eye woyɔ asrafoha blibo la katã ƒo ƒu. Eye wotsɔ awu dzi ʋlaya hedo nɛ, eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ; eye wode asi gbedodo me nɛ bena: Eme nefa na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woƒo tame nɛ kple ayeti, eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye wodze klo nɛ hede ta agu nɛ. Eye esi woɖu fewu le eŋuti vɔ la, woɖe awu dzi la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe do goe, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.

Marko 15:26

Eye woŋlɔ eƒe nutsotso heɖo eƒe tagba bena: Yudatɔwo ƒe fia la.

Marko 15:32

Kristo, Israel ƒe fia la, azɔ ɖi le atitsoga la ŋuti, bena míakpɔe, eye miaxɔ ase! Eye amesiwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la, woawo hã dzui.

Luka 1:32-33

Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.

Luka 2:1-3

Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me be, sedede tso kaisaro Augusto gbɔ bena, woaxlẽ xexeame katã aŋlɔ. Ŋɔŋlɔ gbãtɔ sia va me, esime Kirenio le mɔ̃mefia ɖum le Siria. Eye amewo katã dze mo heyi be, wòaŋlɔ woƒe ŋkɔwo, amesiame yi ɖe ye ŋuta ƒe du me.

Luka 3:1-2

Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene, eye Hana kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, Zaxarya vi la gbɔ le gbedzi.

Luka 3:19-20

ke dziɖula Herodes, si wogbe nya na le Herodia, nɔvia srɔ̃ kple nu vɔ̃ɖi, siwo katã Herodes wɔ la ŋuti la, etsɔ Yohanes de gaxɔ me hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti.

Luka 9:7-9

Ke esi dziɖula Herodes se nusiwo katã wòwɔ la, etsi dzodzodzoe, elabena amea ɖewo gblɔ be: Yohanes tsi tre tso ame kukuwo dome; eye ɖewo hã gblɔ bena: Eliya ɖe eɖokui fia; eye ame bubuwo gblɔ bena: Blema nyagblɔɖilaa ɖe gatsi tre. Ke Herodes gblɔ bena: Yohanes la, metso ta le enu, ke ameka nye esia, amesi ŋuti mese nusiawo tɔgbe le mahã? Eye wòdi be, yeakpɔe.

Luka 11:49-50

Le esia ta hã Mawu ƒe nunya gblɔ bena: Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo aɖo ɖe wo gbɔ, eye woawu wo dome ɖewo, eye woati wo yome, bena woabia nyagblɔɖila, siwo katã ƒe ʋu woda, ahe tso xexeme ƒe gɔmedzedze ta, atso dzidime sia si me

Luka 12:58

Elabena ne mia kple wò ketɔ miele fia ƒe ŋku me yim la, dze agbagba le mo dzi be, naɖe ɖokuiwò le esi me; ne menye nenem o la, ahe wò ayi ʋɔnudrɔ̃la gbɔ, eye ʋɔnudrɔ̃la aɖe wò asi na atikplɔtɔ, eye atikplɔtɔ la ade wò gaxɔ me.

Luka 16:13

Dɔlaa ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigbadzinuwo o.

Luka 19:26-27

Mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si nu le esi la, woana nui; ke amesi nu mele esi o la, nusi le esi hã la, woaxɔe le esi. Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, atikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.

Luka 20:22-25

Woɖe mɔ bena, miadzɔ nu na kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa? Eye esi wòdze si woƒe aɖaŋu vɔ̃a la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mifia denario lam: ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔe le edzi mahã? Eye wogblɔ bena: Kaisaro tɔe. Eye wògblɔ na wo bena: Eyaŋuti mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu!

Luka 21:12

Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti.

Luka 22:30

bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.

Luka 22:63-67

Eye ŋutsu, siwo lé Yesu ɖe asi la, woɖu fewu le eŋuti, eye woƒoe. Eye esi wotsyɔ nu mo nɛ la, wobiae gblɔ bena: Amekae nye amesi ƒo wò, gblɔe fia mí! Eye wogblɔ busunya bubu ƒomevi geɖewo ɖe eŋu. Eye esi ŋu ke la, dumegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo ɖi anyi, eye wokplɔe heyi ɖe woƒe takpekpe la me gblɔ bena: Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi. Eye wògblɔ na wo bena: Ne megblɔe na mi la, miele exɔ ge ase o;

Luka 23:2-4

Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la. Eye Pilato biae gblɔ bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Wòe le egblɔm. Eye Pilato gblɔ na nunɔlagãwo kple amehawo bena: Nyemekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o.

Luka 23:36-38

Eye asrafo, siwo va egbɔ, be woatsɔ aha tsitsi nɛ la, hã ɖu fewu le eŋuti gblɔ bena: Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò. Eye nuŋɔŋlɔ hã le eƒe tagbɔ, esi woŋlɔ ɖe Helatɔwo, Romatɔwo kple Hebritɔwo ƒe gbe me bena: Esia nye Yudatɔwo ƒe fia la!

Yohanes 1:17

Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.

Yohanes 1:49

Natanael ɖo ŋu nɛ bena: Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi, wòe nye Israel ƒe fia.

Yohanes 3:1-3

Ke amea de, si tso farisitɔwo dome la li, eŋkɔe nye Nikodemo, eye wònye Yudatɔwo ƒe amegã. Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o. Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.

Yohanes 5:16

Eye le esia ta Yudatɔwo ti Yesu yome, eye wodi be, yewoawui; elabena ewo nusia le Sabat dzi.

Yohanes 6:15

Eye esi Yesu dze sii bena, wole vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae la, eɖe eɖokui ɖe aga yi de to la dzi.

Yohanes 12:12-13

Esi ŋu ke la, ameha geɖe, siwo va ŋkekenyuieɖuƒe la, esi wose bena, Yesu gbɔna Yerusalem la, wotsɔ deʋayawo, eye wodo go yi ekpe ge, eye wodo ɣli bena: Wosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la.

Yohanes 18:33-39

Azɔ Pilato gayi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye wòyɔ Yesu, eye wògblɔ ne bena: Alo wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Wò ŋutɔ ɖokuiwò si nele esia gblɔm le loo, alo ame bubuwoe gblɔ ŋutinye nya na wò mahã? Pilato ɖo ŋu bena: Nye la Yudatɔ menye mahã? Wò ŋutɔ wò dukɔ la kple nunɔlagãwoe tsɔ wò de asi nam, nuka newɔa? Yesu ɖo ŋu bena: Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o, nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womãgadem asi na Yudatɔwo o, ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o. Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe. Pilato gblɔ nɛ bena: Nukae nye nyateƒe? Eye esi wògblɔ esia la, egado go yi Yudatɔwo gbɔ, eye wògblɔ na wo bena: Nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eyama ŋuti o. Ke kɔnuwɔwɔ le mia si bena, maɖe asi le ame ɖeka ŋuti na mi le ŋutitoto la dzi; mielɔ̃ azɔ bena, maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋuti na mi mahã?

Yohanes 19:3

eye wova egbɔ gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò loo, Yudatɔwo ƒe fia! Eye woƒo tome nɛ.

Yohanes 19:8-12

Eye esi Pilato se nya sia la, evɔ̃ wu tsãtɔ; eye wòyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe lɔ, eye wògblɔ na Yesu bena: Afika nètso? Ke Yesu meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o. Pilato gblɔ nɛ bena: Mele nu ƒo ge nam oa? Mènyae bena, mekpɔ ŋusẽ be, maɖe asi le ŋuwò, eye mekpɔ ŋusẽ be, maklã wò ɖe ati ŋuti oa? Yesu ɖo ŋu ne bena: Ŋusẽa ɖeke manɔ asiwò ɖe ŋunye o, ne menye ɖe wona wò tso dziƒo o; le esia ta amesi dem asi na wò la, wɔ nuvɔ̃ wu wò. Tso esia dzi la Pilato di be, yeaɖe asi le eŋu; ke Yudatɔwo do ɣli gblɔ bena: Ne ekatse ɖe asi le amesia ŋu la, ekema menye kaisaro xɔlɔ̃ o, amesi ke tso eɖokui wɔ fia la, etsi tre ɖe kaisaro ŋu.

Yohanes 19:14-15

Ke enye ŋutitoto la ƒe dzadzraɖoŋkeke, eye anɔ gaƒoƒo adelia dzi. Eye wògblɔ na Yudatɔwo bena: Mikpɔ miaƒe fia la ɖa! Ke woawo do ɣli gblɔ bena: Kplɔe yii, kplɔe yii, klãe ɖe ati ŋuti. Pilato gblɔ na wo bena: Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia? Nunɔlagãwo ɖo ŋu nɛ bena: Fiãa ɖeke mele mia si o, negbe kaisaro ko.

Yohanes 19:19-22

Ke Pilato ŋlɔ eƒe nutsonya heɖo atitsoga la ƒe tagbɔ. Eye wòŋlɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe fia la. Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, elabena teƒe, si woklã Yesu ɖo la, te ɖe du la ŋu, eye woŋlɔe ɖe Hebri- kple Hela-kple Roma-gbe me. Tete Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato bena: Megaŋlɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia la o; ke boŋ bena eyama gblɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia menye. Pilato ɖo ŋu bena: Nusi meŋlɔ la, mèŋlɔe xoxo.

Dɔwɔwɔwo 4:18-21

Eye esi woyɔ wo vɛ la, wode se na wo bena, woagagblɔ nyaa ɖeke alo afia nu hã le Yesu ƒe ŋkɔ dzi akpɔ gbeɖe o. Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ! Elabena miate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi miekpɔ kple nusi miese la ŋuti o. Ke esi wogado ŋɔdzi na wo ɖe edzi la, woɖe asi le wo ŋu, esi womekpɔ naneke woatsɔ ahe to na wo o la ta, le dukɔ la ŋuti; elabena ameawo katã le Mawu kafum le nusi ke va me la ŋuti.

Dɔwɔwɔwo 4:23-29

Eye esi woɖe asi le wo ŋu la, wova wo tɔwo gbɔ, eye woxlẽ nusiwo katã nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ na wo la, fia wo. Eye esi wosee la, wokɔ woƒe gbe dzi na Mawu kple tame ɖeka gblɔ bena: Aƒetɔ, wòe nye Mawu, si wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple woƒe nuwo katã la. Wò amesi gblɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me le mía fofo Dawid, wò dɔla, ƒe nu me bena: „Nukaŋuti trɔ̃subɔlawo le nyanyrãm, eye dukɔwo le tame ʋum dzodzro? Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe Aƒetɔ kple eƒe Kristo ŋu.“ Elabena vavã woƒo ƒu le ɖu sia me ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, amesi nèsi ami na la ŋuti, Herodes kple Pontio Pilato kpe ɖe trɔ̃subɔlawo kple Israel-dukɔwo ŋuti, be woawɔ nusi wò asi kple wò aɖaŋu ɖo ɖi be, wòava me la. Eye azɔ, Aƒetɔ, kpɔ woƒe ŋɔdzidodowo ɖa, eye nana be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã,

Dɔwɔwɔwo 5:17-18

Ke nunɔlagã la tsi tre kple amesiwo le eŋu la, siwo nye zadukitɔwo ƒe kɔmamã, eye woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã. Eye woɖo asi apostoloawo dzi, eye wode wo dua me gaxɔ me.

Dɔwɔwɔwo 5:19-29

Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me. Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ. Ke esi atikplɔtɔwo de, eye womekpɔ wo le gaxɔa me o la, wogbugbɔ va gblɔ bena: Míekpɔ gaxɔa wòle tutu nyuie pɛ, eye dzɔlawo le tsitre le ʋɔtrua nu; gake esi míeʋui la, míekpɔ amea ɖeke le eme o. Eye esi mawuxɔdzikpɔla kple nunɔlagãwo se nya siawo la, wotsi dzodzodzoe le wo ŋuti bena: Nuka goe nye esia? Ke amea ɖe va ka eta na wo bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, siwo mietsɔ de gaxɔ me la, wole tsitre ɖe mawuxɔ me, eye wole nu fiãm dukɔ la. Tete la aʋafia kple atikplɔtɔwo to edzi yi ɖakplɔ wo vɛ, menye sesẽtɔe o, elabena wovɔ̃ dukɔ la, bena woagaƒu kpe yewo o. Eye esi wokplɔ wo ve la, wotsɔ wo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me. Eye nunɔlagã bia wo bena: Alo ɖe menye se miede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatso ame sia ƒe ʋu aɖo mia dzi. Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.

Dɔwɔwɔwo 5:41

Ke woawo la wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woaɖo ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.

Dɔwɔwɔwo 12:1-5

Le ɣemaɣi me fia Herodes ɖo asi hamevia ɖewo dzi, bena yeasẽ ŋuta le wo ŋu. Eye wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi. Ke esi wòkpɔ be, edze Yudatɔwo ŋu la, eyi dzi be, yealé Petro hã. Ke enye amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekewo. Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe. Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta.

Dɔwɔwɔwo 12:6-17

Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm. Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu. Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye nado wò atokotawo! Eye wòwɔ nenema. Eye wògblɔ ne bena: Do wò awu ʋlaya la, eye nadze yonyeme. Eye wòdo go dze eyome, eye menyae bena, nusi va me to mawudɔla dzi la, ele me vavã o, ke ebu xa bena, ŋutega yekpɔ. Ke esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu yi la, wova gagbo, si dze ŋgɔ dua la nu, eye eya ŋutɔ ʋu eɖokui na wo; eye esi wodo go la, woto ablɔ ɖeka me, eye kasia mawudɔla la dzo le egbɔ. Eye esi Petro ƒe mo kɔ la, egblɔ bena: Azɔ menyae vavã bena, Aƒetɔ la dɔ eƒe dɔla ɖa, eye wõɖem tso Herodes si me kpakple Yudatɔwo katã ƒe mɔkpɔkpɔ me. Eye esi wòle eŋuti bum la, eva Maria, Yohanes, si woyɔna be Marko la, dada ƒe xɔ nu, afisi ame geɖewo ƒo ƒu do hele gbe dom ɖa la. Eye esi wòƒo agboa la, nyɔnudɔlaa ɖe, si ŋkɔ nye Roda la, va do gbee. Eye esi wòdze si Petro ƒe gbe la, meʋu agbo la o le dzidzɔ, si wòkpɔ la ŋuti; ke eƒu du yi ɖe eme, eye wòka ta na wo bena, Petro le tsitre ɖe agbo la nu. Woawo gblɔ nɛ bena: Aɖaʋa dzem nèle. Ke ekã ɖe edzi bena, ele me nenema. Gake woawo gblɔ bena: Eƒe mawudɔlae. Ke Petro gale eƒoƒo dzi, eye esi wòʋui, eye wokpɔe la, kuvia ɖo wo. Eye wòɖo asi wo dzi bena, woazi ɖoɖoe, eye wòxlẽ alesi Aƒetɔ la kplɔe do goe tso gaxɔa me la, fia wo. Eye wògblɔ bena: Mika nusiawo ta na Yakobo kple nɔviawo. Eye wòdzo le afima yii afi bubu.

Dɔwɔwɔwo 12:18-19

Ke esi ŋu ke la, menye dzidzi via ɖee ƒo asrafoawo le nusi wo Petro la ŋuti o. Eye esi Herodes du, eye mekpɔe o; la, edrɔ̃ ʋɔnu dzɔlawo, eye wòde se bena, woakplɔ wo ayi amewuƒe. Eye wòdzo le Yudea yi Kaisarea, eye wòna afima.

Dɔwɔwɔwo 12:20-23

Eye dome vee ɖe Tirotowo kple Zidontɔwo ŋu; ke wova egbɔ kple nu sɔsɔe, eye esi wowɔ xɔlɔ̃ kple Blasto, si nye fia ƒe nuwo dzikpɔla la, wòbia tomefafa; elabena woƒe anyigba kpɔa nunyiame tso fia la tɔ dzi. Eye le ŋkeke ɖoɖoa ɖe dzi, esi Herodes ɖo fiawu la, ebɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye wòƒo nu na wo. Tete takpelawo do ɣli bena: Mawu ƒe gbee, eye menye ame tɔe o. Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.

Dɔwɔwɔwo 16:22-24

Eye ameha la tsi tre ɖe wo ŋu, eye dua me dziɖulawo dze woƒe awuwo le wo ŋu, eye wode se bena, woaƒo wo kple ati. Esi woƒo wo kakaka la, wode wo gaxo me, eye wode se na gaxɔdzikpɔla be, woadzra wo ɖo dedie. Eya la, esi wòxɔ se sia la, etso wo ɖe gaxɔ titinatɔ me, ke, eye wòbɔ pã woƒe afɔwo.

Dɔwɔwɔwo 16:25-30

Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo. Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu. Tete gaxɔdzikpɔla ɖi vo tso alɔ me; eye esi wòkpɔ bena, gaxɔla ƒe ʋɔtruawo le nuvo la, edi yi, be yeawu ye ɖokui. Ke Paulo do ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Megawɔ vɔ̃a ɖeke ɖokuiwò o, elabena mí katã miele afi! Tete wòbia akaɖi, eye wòƒu du yi ɖe eme, eye wòle dzodzom nyanyanya hedze Paulo kple Sila ƒe afɔ nu Eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Aƒetɔwo, nukae le nam be mawɔ, bena makpɔ ɖeɖe mahã?

Dɔwɔwɔwo 16:35-40

Ke esi ŋu ke la, dua me dziɖulawo dɔ atikplɔwo ɖa gblɔ bena: Miɖe asi le ame mawo ŋu. Eye gaxɔdzikpɔla to nya siawo na Paulo bena, du me dziɖulawo dɔ ame ɖa, be woaɖe asi le mia ŋu; eyata mido go azɔ, ne miayi le ŋutifafa me! Ke Paulo gblɔ na wo bena: Esi woƒo mí ʋɔnu madrɔ̃madrɔ̃e le ablɔ me, mi amesiwo nye Romatɔwo, eye wode mi gaxɔ me, ke azɔ la woaɖe mi ado goe le adzamea? Gbeɖe! Negbe woawo ŋutɔwo koe ava kplɔ mi ado goe. Eye atikplɔtɔwo to nya siawo na dua me dziɖulawo; ke esi wose bena, Romatɔwo wonye la, wovã, eye wova la dzi na wo. Eye esi wokplɔ wo do goe la, woɖe kuku bena, woadzo le dua me. Eye wodo go tso gaxɔ me yi ɖe Lidia ƒe me: eye esi wokpɔ nɔviawo la, woɖe dzi ƒo na wo, eye wodzo.

Dɔwɔwɔwo 17:6-8

Eye esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔviaa ɖewo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ hele ɣli dom bena: Amesiwo de zi xexeame la, wova afisia hã, woawo Yason xɔ ɖe eƒe me; eye amesiawo katã woda kaisaro ƒe seawo dzi, le esime wogblɔ bena, ame bubue nye fia, eyae nye Yesu. Eye wonyama ameha la kple dua me dziɖulawo, esi wose nya siawo.

Dɔwɔwɔwo 17:26

eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;

Dɔwɔwɔwo 22:24-30

aʋafia gã la de se be, woakplɔe ayi ɖe mɔ̃ la me, eye wòɖo bena, woaɖe atam ɖe edzi ase eƒe numenya, bena yeanya nusi ŋuti tututu wole ɣli dom ɖe eta ɖo. Eye esi wohee ɖe ka me, be woaƒoe la, Paulo gblɔ na aʋafia, si le tsitre ɖe egbɔ la bena: Ɖe woɖe mɔ na mi be, míaƒo amesi nye Romatɔ kple atam fɔ mabumabua? Eye esi aʋafia la see la, eyi ɖatoe na aʋafia gã la bena: Nuka wɔ ge nala? Elabena amesia nye Romatɔ. Tete aʋafia gã la va gblɔ nɛ bena: Gblɔe nam, wò la Romatɔ nenyea? Eye wògblɔ be: Ẽ. Aʋafia gã la ɖo ŋu bena: Nye la metsɔ ga geɖe ƒle dumetɔnyenye sia. Eye Paulo gblɔ bena: Gake nye la ɖe wodzim ɖe eme. Tete amesiwo be, yewoaƒoe abia eƒe numenya ase la, dzo le egbɔ enumake, eye aʋafia gã la hã, esi wose bena, Romatɔ wònye la, evɔ̃; elabena ena wobiae. Eye ŋu ke, esi wòle didim bena, yeanya nyateƒe la, nusi ŋuti Yudatɔwo va tso enu la, etu kae, eye wòde se bena, nunɔlagãwo kple woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã nava ƒo ƒu: eye wokplɔ Paulo ɖi va anyi, eye wotsɔe ɖo wo ŋku me.

Dɔwɔwɔwo 23:1-5

Eye Paulo kpɔ ʋɔnudrɔ̃lawo dzi gã gblɔ bena. Ŋutsuwo, nɔviwo, nye la miezɔ le Mawu fe ŋku me le dzitsinya nyui blibo la katã me vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi. Ke nunɔlagã Anania de se na amesiwo le tsitre ɖe egbɔ la bena, woaƒo nugbɔ nɛ. Tete Paulo gblɔ nɛ bena: Mawu aƒo wò, wo gli, si wòsi akalo na: eye wò la èbɔbɔ nɔ anyi hele ʋɔnu drɔ̃mem le se la nu, eve nèda se la dzi heblu bena, woaƒoma? Ke amesiwo le tsitre ɖe egbɔ la, gblɔ bena: Ã, Mawu ƒe nunɔlagã la dzum nèlea? Eye Paulo gblɔ bena: Nɔvinyewo, nyemenyae bena, nunɔlagãe o; elabena woŋlɔ bena: „Megagblɔ nya vɔ̃ ɖe wò dukɔ la ƒe amegã ŋuti o.“

Dɔwɔwɔwo 23:6-10

Ke esi Paulo nyae bena, akpa ɖeka nye zadukitɔwo, eye akpa bubu nye farisitɔwo la, edo ɣli le ʋɔnudrɔ̃ƒe la gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo! Nye la farisitɔ kple farisitɔ ƒe vi menye, nukpɔkpɔ kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ta wole ʋɔnu drɔ̃mem ɖo. Eye esi wògblɔ esia la, nyaʋiʋli ɖo farisitɔwo kple zadukitɔwo dome, eye ameha la dome ma. Elabena zadukitɔwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o, eye mawudɔla kple gbɔgbɔ hã meli o; gake farisitɔwo ʋua woa kple eve la me. Eye ɣlidodo gãa ɖe dzɔ, eye agbalẽfiala, siwo nye farisitɔwo ƒe akpa la, dometɔa ɖewo tsi tre, eye wohe dzre ŋutɔ gblɔ bena: Miekpɔ vɔ̃a ɖeke le amesia ŋu o; ke ne gbɔgbɔa ɖe alo mawudɔlaa ɖe ƒo nu kpakplii la, nukae? Eye esi nyaʋiʋli la nu sẽ ŋutɔ la, aʋafia gã la le vɔvɔ̃m bena, woava vuvu Paulo; eye wòde se bena, asrafoha la naɖi va, eye woahee tso wo dome, ne woakplɔe ayi mɔ̃ la me.

Dɔwɔwɔwo 25:6-12

Eye esi wònɔ wo dome mewu ŋkeke enyi alo ewo o la, edzo yi Kaisarea, eye esi ŋu ke la, ebɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, eye wòde se bena, woakplɔ Paulo vɛ. Eye esi wòva la, Yudatɔ, siwo tso Yerusalem va la, le tsitre ƒo xlãe, eye wotsɔ nutsotso vevi geɖewo vɛ ɖe Paulo ŋuti, esiwo ŋu womete ŋu fia kpɔɖeŋua ɖeke le o, elabena Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ bena: Nyemewɔ nuvɔ̃a ɖeke ɖe Yudatɔwo ƒe se la alo ɖe gbeɖoxɔ la alo ɖe kaisaro ŋu o. Ke esi Festo le didim bena, yeave Yudatɔwo nu la, exɔ dzi na Paulo gblɔ bena: Elɔ̃ bena, nayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò le afima le nusiawo ŋuti le ŋkunye me mahã? Ke Paulo gblɔ bena: Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, afisi wòle be, woadrɔ̃ ʋɔnum le; nyemewɔ vɔ̃a ɖeke Yudatɔwo o, abe alesi wò ŋuta hã nenyae nyuie ene. Ne tɔnye medzɔ o, eye mewo nane, si dze ku la, nyemegbe ku o; ke ne nusiwo amesiawo tsɔ le nunye tsom la, ƒe ɖeke mele eme o la, amea ɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee! Tete esi Festo kple adaŋudelawo ɖe adaŋu la, eɖo ŋu bena: Kaisaro si me nètsɔ wò nya dee, kaisaro gbɔ kee nayi.

Dɔwɔwɔwo 25:20-21

Eye nye la, esi nyemenya alesi madzro nya siawo mee o la, mebiae be, ne elɔ̃ bena, yeayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ ʋɔnui le nya siawo ŋuti. Ke esi Paulo bia bena, woadzra ye ɖo na kaisaro ƒe afiatsotso la, meɖo bena, woadzrae ɖo, vaseɖe esime maɖoe ɖe kaisaro gbɔ.

Dɔwɔwɔwo 26:25-32

Ke Paulo gblɔ bena: Nyemele tsu kum o, amegã nyui Festo; hafi boŋ nyateƒe kple tamebubunyawo gblɔm mele. Elabena fia hã nya nusiawo, amesi mele nu ƒom na kple dzideƒo; elabena mexɔe se bena, nusiawo dometɔa ɖeke mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye ɣaɣlaƒe wowɔ nusia le o. Fia Agripa, èxɔa, nyagblɔɖilawo dzi sena? Menyae bena, èxɔnɛ sena. Tete Agripa gblɔ na Paulo bena: Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu kristotɔ. Ke Paulo gblɔ bena: Medi bena, Mawu nana be, ne esusɔ ʋee alo geɖe la, menye wò ɖeɖeko o, hafi boŋ amesiwo katã le to ɖomem egbe la, natrɔ zu esia tɔgbe abe nye ene, negbe babla siawo ko. Tete fia la kple mɔ̃mefia la kple Bernike kpakple amesiwo bɔbɔ nɔ anyi kpli wo la, tsi tre, eye esi, wote yi megbe la, wogblɔ na wo nɔewo bena, amesia mewɔ naneke, si dze ku alo bablawo o. Eye Agripa gblɔ na Festo bena: Ɖe amesia metsɔ eƒe nya de kaisaro si me o la, ne woate ŋu aɖe asi le eŋu.

Dɔwɔwɔwo 27:23-24

Elabena zã sia me la Mawu, si tɔ menye, amesi mesubɔna hã la, ƒe dɔla va tsi tre ɖe gbɔnye gblɔ bena: Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.

Dɔwɔwɔwo 28:16-19

Eye esi mieva Roma la, aʋafia la tsɔ gatɔwo de aʋafia gã la si; ke woɖe mɔ na Paulo bena, woanɔ etɔwo gbɔ kple asrafo, si dzaa eŋu. Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva me bena, Paulo yɔ amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome la ƒo ƒu: eye esi wova ƒo ƒu la, egblɔ na wo bena: Nɔviŋutsuwo, nye la nyemewɔ naneke ɖe dukɔ la alo ɖe mía fofowo ƒe kɔnuwɔwɔawo ŋuti, hafi wodo gatɔm tso Yerusalem hede Romatɔwo si o. Eye woawo la, esi wodrɔ̃ ʋɔnum la, wodi bena, yewoaɖe asi le ŋunye, elabena womekpɔ naneke, si dze ku le ŋunye o. Ke esi Yudatɔwo le nya gblɔm ɖe eŋuti la, ele nam ko be, matsɔ nye nya la ade kaisaro si me; menye bena, ɖe nyaa ɖee le asinye be, matsɔ atso nye dukɔ la nu o.

Romatɔwo 13:1-7

Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖua ɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi. Eyata amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti; ke amesiwo dzea aglã la, woakpɔ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Elabena dziɖulawo menye ŋɔdzi na nuwɔna nyuiwo o, ke na vɔ̃ɖiawo boŋ. Ke ɖe mèlɔ̃ be, navɔ̃ dziɖuɖu la o mahã? Ekema wo nu nyui, eye àkpɔ kafukafu tso egbɔ; elabena Mawu ƒe subɔla wònye le wò nyonyo ŋuti. Ke ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsoa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wotu la wònye. Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ. Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã, elabena Mawu ƒe dɔtsɔlawo wonye, amesiwo na nenem nusia wɔwɔ dzi. Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.

Korintotɔwo I 2:6-8

Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o; ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la, si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.

Korintotɔwo I 6:12

Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nuwo katãe nyona na ame o. Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nyee le nana ge nane nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o.

Korintotɔwo I 10:23

Woɖe nuwo katã ƒe mo na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o.

Korintotɔwo I 15:24-25

emegbe la nuwuwu la ava, esime woatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa, esime wòava aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã ɖa la. Elabena ele ne be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te.

Galatiatɔwo 3:28-29

Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me. Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.

Galatiatɔwo 4:30-31

Ke nuka ŋɔŋlɔ la gblɔ ɖia? „Nyã kosi la kple via; elabena kosi la ƒe vi la maganyi dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi la o.“ Eyata, noviwò, míenye kosi la ƒe viwo o, hafi boŋ ablɔɖenyɔnu la to míenye.

Galatiatɔwo 5:1

Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!

Galatiatɔwo 5:14

Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“

Galatiatɔwo 5:22-23

Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidzidudu; nenem nusiawo la se la metsi tre de wo ŋu o.

Efesotɔwo 1:21-22

ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi, menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã, eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame,

Efesotɔwo 2:12

bena mienɔ anyi le ɣemaɣi me Kristo menɔ mia si o, eye míenye ame tutɔwo na Israel ƒe dumetɔnyenye la kple amedzrowo na ŋugbedodo la ƒe nubablawo, eye mɔkpɔkpɔa ɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o.

Efesotɔwo 2:19

Eyata azɔ míeganye ame tutɔwo kple amedzrowo o, ke boŋ míenye ame kɔkɔewo ƒe hadumeviwo kple Mawu ƒe aƒemetɔwo,

Efesotɔwo 6:12

elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.

Filipitɔwo 2:9-11

Esia ke ŋuti hã Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.

Filipitɔwo 3:20

Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso,

Kolosetɔwo 1:16

Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o; eɖanye fiazikpuiwo o; alo aƒetɔnyenyewo o; eɖanye dziɖulanyenyewo o alo ŋusẽwo o: Wowɔ nuwo katã to eyama me, eye wowɔ wo hena eyama,

Kolosetɔwo 2:8

Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.

Timoteo I 1:8-10

Ke mienyae bena, se la nyo, ne amea ɖe wɔ eŋu do le se la nu pɛpɛpɛ; eye míenya esia bena, womena se ame dzɔdzɔe o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo kple ame mavɔ̃mawuwo, kple nuvɔ̃wɔlawo kple ame makɔmakɔwo kple ahɔhlɔ̃bɔlawo kple tɔwulawo kple nɔwulawo kple amewulawo kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti

Timoteo I 1:17

Ke fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃ la, tɔ nanye bubu kple kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mave me! Amen.

Timoteo I 2:1-2

Azo mele nu xlɔ̃m le nuwo katã ŋgɔ be, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔxɔdeametawo, akpedadawo le amewo katã ta, le fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta, bene míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa mele mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me.

Timoteo I 6:15

esi dziɖula yayratɔ ɖeka, fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi,

Timoteo II 2:12

ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;

Tito 3:1-2

Ɖo ŋu nusiawo na wo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulowo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena do nyui sia do nyui wɔwɔ: Woagagblɔ busunya ɖe amea ɖeke ŋuti o, wòaganye dzrehelawo o; woanye ame fetuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.

Hebritɔwo 1:8

ke egblɔ le Via ŋuti bena: „Mawu, wò fiazikpui nɔa anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, fiatikplɔ dzɔdzɔe enye wò fiaɖuɖu ƒe fiatikplɔ.

Hebritɔwo 8:1-2

Ke nya, siwo miegblɔ la, ƒe emenya gãtɔ enye esi. Nunɔlagã sia tɔgbe le mia si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo, amesi nye kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla.

Hebritɔwo 11:36-38

ke ame bubuwo la woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me; woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa, wote wo kpɔ, wowu wo kple yi, wonɔa tsatsam le alẽgbalẽwo kple gbɔ̃gbalẽwo me, le koɖoɖo, xaxa kple fukpekpe me, amesiwo xexeame medzena kura o la, wotra mɔ henɔ tsatsam le gbedziwo kple towo kple agadowo kple anyigba ʋewo me.

Hebritɔwo 13:17

Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o.

Petro I 2:9

Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,

Petro I 2:11-18

Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ, eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi. Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe amewo ƒe nuɖoanyi katã te le Aƒetɔ la ŋuti, eɖanye ɖe fia, si si ŋusẽ le la te o, eɖanye ɖe dziɖula, siwo wodɔ ɖe dɔgbe le hlɔ̃biabia vɔ̃wɔlawo kple nyuiwɔlawo kafukafu ta la te o. Elabena nenemae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, bena miatsɔ nu nyui wɔwɔ atsi abunetɔwo ƒe numanyamanya la nu, abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene. Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, miyɔ Mawu, mibu fia la. Mi dɔlawo la, mibɔbɔ mia dokui na miaƒe aƒetɔwo le vɔvɔ̃ katã me, menye na aƒetɔ nyuiwo kple ame fatuwo ɖeɖeko o, ke boŋ na dɔmevevitɔwo hã.

Petro II 2:6-8

eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me; eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; — elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome, eye wòkpɔ, eye wòse woƒe dɔwɔwɔ, siwo mele sea nu o la, ewɔa fu eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la gbesiagbe; —

Petro II 2:10-11

ke vevietɔ amesiwo zɔna le ŋutilã nu le makɔmakɔnyenye ƒe nudzodzro la me, eye wodoa vlo aƒetɔnyenye la. Ame mabunuwo, ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo medzona nyanyanya, ne wogblɔ busunya ɖe ŋutikɔkɔewo ŋuti la o, wònye mawudɔlawo nye gatɔwo wu le ŋutete kple ŋusẽ me hafi; gake womehe busufɔbubu vɛ ɖe wo ŋuti le Aƒetɔ la ŋku me o.

Yohanes I 3:4

Amesiame, si wɔa nuvɔ̃ la, edaa se hã dzi, eye nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ.

Yuda 1:8

Nenema ke drɔ̃ekula siawo hã ƒoa ɖi ŋutilã, eye woɖoa vlo aƒetɔnyenyewo, eye wogblɔa busunya ɖe ŋutikɔewo ŋuti.

Nyaɖeɖefia 1:4-6

Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ, eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti, eye wòwɔ mí hawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya to lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mava me yi ɖe mavɔ me! Amen.

Nyaɖeɖefia 3:21

Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.

Nyaɖeɖefia 4:2-6

Eye enumake menɔ gbɔgbɔ la me, eye kpɔ ɖa, wodo fiazikpui anyi de dziƒo, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, eye amesi bɔbɔ nɔ edzi la ŋuti le abe yaspis-kpe kple sardis-kpe ene, eye anyieʋɔ, si ŋuti le abe smaragd-kpe ene la, ƒo xlã fiazikpui la. Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta. Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo; eye atsiaƒu, si me ka abe kristalo lãlɛ ene la, le fiazikpui la ŋgɔ, eye nu gbagbe ene, siwo ŋgɔgbe kple megbe yɔ fũ kple ŋkuwo la, le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la hã.

Nyaɖeɖefia 4:9-10

Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena:

Nyaɖeɖefia 5:10-13

eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi. Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo, wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu! Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!

Nyaɖeɖefia 7:9-11

Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi, eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ! Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena:

Nyaɖeɖefia 7:15

Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome.

Nyaɖeɖefia 11:15-18

Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nenɔ anyi; elabena exɔ wò ŋusẽ gã, eye neɖu fia. Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.

Nyaɖeɖefia 13:1-2

Eye metsi tre ɖe ƒutake la dzi, eye mekpɔ lãa ɖe le ɖoɖom tso atsiaƒu me, eye dzo ewo kple ta adre li nɛ, eye fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe tawo ŋu. Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ.

Nyaɖeɖefia 14:8

Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.

Nyaɖeɖefia 16:19-20

Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano. Eye ƒukpowo katã si, eye womegakpɔ towo o.

Nyaɖeɖefia 17:1-2

Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka ƒo nu kplim gblɔ bena: Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ na tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò; amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,

Nyaɖeɖefia 17:9-13

Afii gɔmesese, si me nunya le la, hiã le: Ta adreawo nye to adre, siwo dzi nyɔnu la bɔbɔ nɔ, eye wonye fia adre: Wo ame atɔ dze anyi, eye ɖeka ti, mamletɔ la meva haɖe o, eye ne eva la, ele ne be, wòanɔ anyi ʋee ko. Eye lã, si nɔ anyi, eye megali o la, eya ŋutɔ hã enye enyilia, eye wònye adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe gbegblẽ me. Eye dzo ewo, si nekpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka. Nenem me siawo la tameɖoɖo ɖeka li na wo, eye wotsɔ woƒe ŋutete kple ŋusẽ na lã la.

Nyaɖeɖefia 17:14-18

Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo. Eye wògblɔ nam bena: Tsi, siwo nèkpɔ, siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ la, wonye dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo. Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ. Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu. Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.

Nyaɖeɖefia 18:2-3

Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza. Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.

Nyaɖeɖefia 18:9-10

Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ. Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.

Nyaɖeɖefia 18:21

Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,

Nyaɖeɖefia 19:15

Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.

Nyaɖeɖefia 19:16

Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!

Nyaɖeɖefia 19:17-19

Eye mekpɔ mawudɔla ɖekaa ɖe le tsitre le ɣe me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽa ɖe le gbɔgblɔm na xevi, siwo katã dzona le dziƒo titina la bena: Miva ƒo mia ɖokui nu ƒu ɖe Mawu ƒe nuɖuɖu gã la gbɔ, bena miaɖu fiawo ƒe lã kple aʋafiawo ƒe lã kple ame sesẽwo ƒe lã kple sɔwo kple wo dzinɔlawo ƒe lã kple ablɔɖeviwo kple kluviwo kple ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo katã ƒe lã. Eye mekpɔ lã la kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo ƒo wo ɖokui nu ƒu, be yewoawɔ aʋa kple amesi le sɔ dzi la kple eƒe aʋakɔ la.

Nyaɖeɖefia 20:6

Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖo o, ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.

Nyaɖeɖefia 20:11-13

Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o. Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.

Nyaɖeɖefia 21:5-6

Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo. Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.

Nyaɖeɖefia 22:1-5

Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam. Eye ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi la agbeti ti, si tsea ku wuieve, eye wotsena le ɣleti sia ɣleti, eye atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo. Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe, eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu. Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net