18 – Aʋatso Nufialawo

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Aʋatso Nufialawo.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Petro II 2:1-3

Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi. Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo, eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.

Petro II 3:16

abe alesi wòƒo nu le nusiawo ŋuti le eƒe agbalẽwo katã me la ene, esiwo me nyaa ɖewo ƒe gɔmesese nye ɖo la le, nya, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo trɔna, abe alesi wowɔa ŋɔŋlɔ bubuawo hã hena woa ŋutɔwo ƒe gbegblẽ la ene.

Mose V 18:20

Ke ne nyagblɔɖilaa ɖe ɖo eɖokui ɖe dzi, eye wògblɔ nya, siwo nyemegblɔ nɛ o la, le nye ŋkɔ dzi, alo wògblɔ nya le mawu bubuwo ƒe ŋkɔ dzi la, woawu nyagblɔɖila ma.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 328 kpukpuiwo

Mose I 3:1-5

Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã? Nyɔnua ɖo ŋu na da la be: Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa; ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o! Eye da la gblɔ na nyɔnua bena: Miele kuku ge akpɔ o; ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.

Mose I 3:13-15

Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui. Eye Yehowa Mawu gblɔ na da la bena: Esi nèwɔ alea la, eyata woaƒo fi ade wò le aƒemelãwo kple gbemelãwo katã dome: Wò ƒodo dzi nazɔ, eye ʋuʋudedie naɖu le wò agbe me ŋkekewo katã me! Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.

Mose II 20:5-6

Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi; ke mevea ame akpe nane, siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi la nu.

Mose II 23:1-2

Megasa sakpli o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nazu aʋatsoɖaseɖila o. Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o, eye megade ame geɖewo dzi le dzrenya me ate nya dzɔdzɔe la ɖe to o.

Mose III 19:11

Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.

Mose III 19:16-17

Meganye sakplitɔ nɔ yiyim le wò dukɔ me viwo dome o; eye megaka ɖe dzi, be woatso kufia na hawòvi o. Nyee nye Yehowa! Megalé nɔviwò ɖe do me o, ke boŋ gbe nya nɛ, ne magana nahe nuvɔ̃ ava ɖokuiwò dzi o.

Mose IV 23:19

Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?

Mose V 4:3

Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi Yehowa wɔ Baal-Peor, kple miaƒe ŋkuwo, elabena Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ amesiwo katã dze Baal-Peor yome la ɖa le mia dome,

Mose V 5:32

Milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mi ene, eye migadze ɖe ɖusi alo mia me o;

Mose V 8:2-3

Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o. Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.

Mose V 8:5-6

Eyata nyae le wò dzi me bena, ɖe Yehowa le nu fiãm wò, abe alesi ŋutsu fia nunya via ene. Wo Yehowa, wò Mawu, ƒe seawo dzi, ne nato eƒe mɔ, eye navɔ̃e.

Mose V 11:16

Mikpɔ nyuie, ne miagana miaƒe dzi naɖu mi, eye miatrɔ asubɔ mawu bubuwo, eye miade ta agu na wo o;

Mose V 12:32

Milé nusiwo katã ŋuti mede se na mi le la me ɖe asi, eye miwo wo dzi; migatsɔ ɖeke kpee o, eye migaɖe ɖeke le edzi o.

Mose V 13:1-3

Ne nyagblɔɖila alo drɔ̃ekulaa ɖe ɖo mia dome, eye wòbe, yeawɔ dzesi alo nukunua ɖe na mi, eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be, mina miadze mawu bubu, siwo mienyã o yome, eye miasubɔ wo la, ekema migaɖo to nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o, elabena ɖe Yehowa, mia Mawu la, Me mia dom kpɔ, ne yeadze sii be, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me hã?

Mose V 18:20

Ke ne nyagblɔɖilaa ɖe ɖo eɖokui ɖe dzi, eye wògblɔ nya, siwo nyemegblɔ nɛ o la, le nye ŋkɔ dzi, alo wògblɔ nya le mawu bubuwo ƒe ŋkɔ dzi la, woawu nyagblɔɖila ma.

Mose V 18:21-22

Ne abu le wò dzi me bena: Aleke miate ŋu adze si nya, si Yehowa megblɔ o la? Ne nyagblɔɖilaa ɖe gblɔ nya le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, gake nya la meva me o, eye medze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la o, ke boŋ nyagblɔɖila la ŋutɔe do eɖokui ɖe dzi hegblɔe; eyata megavɔ̃e o.

Samuel I 15:23

Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o.

Fiawo I 22:21-23

Tete gbɔgbɔa ɖe do va Yehowa ŋku me gblɔ bena: Mayi aɖaflui. Yehowa gblɔ nɛ bena: Aleke nawɔe? Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me Egblɔ bena: Àte ŋu aflui, heyi ɖawɔ nenema. Kpɔ ɖa, Yehowae tsɔ aʋatsogbɔgbɔ ɖe wò nyagblɔɖila siawo katã nu; elabena Yehowa ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.

Kronika II 18:20-22

Tete gbɔgbɔa ɖe do ɖe Yehowa ŋku me gblɔ bena: Mayi aɖaflui! Yehowa gblɔ nɛ bena: Aleke nawɔe? Eɖo ŋu bena: Mayi aɖanye aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe nyagblɔɖilawo katã, ƒe nu me. Eye wògblɔ bena: Ate ŋu aflui vavã. Heyi ɖawɔ alea! Eyata kpo ɖa, Yehowa ye ɖe aʋatsogbɔgbɔ wò nyagblɔɖila siawo nu; elabena Yehowa do dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.

Kronika II 36:15-16

Tete Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ta. Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.

Hiob 13:4

Ke miawo la, ami ɖem miele ɖe aʋatso, eye gbedala dzodzrowo mienye.

Psalmowo 2:1-4

Nukaŋuti dukɔwo le nyanyrãm, eye anyigba dzi dukɔwo le tame bum dzodzro? Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu. Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu! Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.

Psalmowo 5:6

Etsrɔ̃a aʋatsokalawo; Yehowa tsria hlɔ̃me kple alakpatɔ.

Psalmowo 5:9

Elabena nya vavãa ɖeke mele woƒe nu me o, gbegblẽ le woƒe dzi me, woƒe veme enye yɔdo nuvo, eye wovivia nu me kple woƒe aɖe.

Psalmowo 14:1-3

Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o. Yehowa ɖe ŋku ɖe amegbetɔviwo tso dziƒo, ne yeakpɔ be, amea ɖe dze nunya, eye wòblaa Mawu ta sena hã? Wo keŋ wote ɖe aga, wo kam tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.

Psalmowo 31:18

Woade ga nu na aʋatsoka-nuyiwo, amesiwo gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu le ɖaɖa kple vloɖoɖo me.

Psalmowo 34:13

Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple wò nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o!

Psalmowo 50:16-17

Ke Mawu gblɔ na ame vɔ̃ɖi be: Nye ɖoɖowo xexlẽfia kae tsa gbɔwò? Eye nukaŋuti nèlé nye nubabla ɖe nu? Wòa èlé tu hehe, eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbewò tso!

Psalmowo 52:2-5

Wò aɖe le gbegblẽ ŋu susum abe talũhɛ ɖaɖɛ ene, wò alakpadala. Elɔ̃ vɔ̃ wu nyui, eye nèlɔ̃ aʋatso wu nya dzɔdzɔe gbɔgblɔ. Sela. Wò alakpaɖe, nu gbegblẽ nyawo sɔŋ nyoa ŋuwò. Eyata Mawu hã agbã wò aƒu anyi ɖikaa, alé wò, eye wòahe wò aƒu gbe tso agbadɔ me, eye wòaho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela.

Psalmowo 55:21

Eƒe nu me nya zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ abe notsi kpekẽ ene; aʋawɔwɔ le eƒe dzi me, eƒe nuƒoƒowo le bɔlɔbɔlɔ abe ami ene, ke yi, si wodi, wonye.

Psalmowo 59:12

Woƒe nu me nuvɔ̃ enye woƒe nuyiwo ƒe i ya, eyata woalé wo le woƒe dada la me le fiƒode kple alakpa, si dona tsoa wo nu la ta.

Psalmowo 101:7

Amesi daa alakpa le, manɔ aƒenye me o, eye amesi kaa aʋatso la, mali de ŋkunye me o.

Psalmowo 119:118

Egbe amesiwo katã tra tso wò ɖoɖowo gbɔ, elabena woƒe alakpadada mele ɖeke me o.

Psalmowo 119:163

Mele tu aʋatso, eye menyɔ ŋui; ke melɔ̃a wò se yia.

Lododowo 1:7

Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.

Lododowo 1:22-23

Ɣekaɣi mi gegemewo míalɔ̃ bometsitsi, mi fewuɖulawo miakpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, eye mi bometsilawo mialé fu sidzedze ase do? Mitrɔ kɔ ɖe nye mokaname ŋuti. Kpa ɖa, mana nye gbɔgbɔ nado bɔbɔbɔ, eye mana miadze si nye nyawo.

Lododowo 3:5-7

Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o, vɔ̃ Yehowa, eye natsri va;

Lododowo 4:24

Ɖe alakpanu da le ɖokuiwò ŋu, eye nam aʋatsonuyi ɖa le ɖokuiwò gbɔ.

Lododowo 4:25-27

Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ te, eye wò aɖabawo nelé mɔ ɖeka tso le ŋgɔwò. Ɖe toƒe dzɔdzɔe na wò afɔwo, eye wò mɔwo katã nesɔ ɖe eteƒe. Megadze ɖe ɖusi alo mia me o, te wò afa ɖe aga tso vɔ̃ gbɔ.

Lododowo 6:16-19

Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ: dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa nu maɖifɔ ɖi, dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu, amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa, kpakple amesi dea dzre nɔviwo dome.

Lododowo 9:7-9

Amesi le mɔnu fiam fewuɖula la, kplɔa ŋukpe ƒua eɖokui, eye amesi le mo kam na ame vɔ̃ɖi la, dzu wònyena nɛ. Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò. Na nu nunyala, eye wòaganya nu ɖe dzi; fia nu ame dzɔdzɔe, eye wòadzi eƒe nunyanya ɖe dzi.

Lododowo 9:10

Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.

Lododowo 12:19

Nyateƒenuyi anɔ anyi tegbee; ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo ɖeka ko.

Lododowo 12:22

Alakpanuyiwo nye ŋunyɔ na Yehowa; ke amesiwo wɔa nuteƒe ƒe nu nyoa eŋu

Lododowo 14:5-7

Ɖasefo nyateƒetɔ mekaa aʋatso o; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa. Fewuɖula le nunya dim ʋuu do kpoa; ke sidzedze le bɔbɔe na nugɔmeselawo. Te ɖa le bometsila gbɔ, elabena mèdzea si gɔmesese ƒe nuyiwo o.

Lododowo 14:25

Ɖasefo nyateƒetɔ enye amexɔla ɖe agbe; ke aʋatsoɖasefo enye alakpatɔ!

Lododowo 15:12

Fewuɖula melɔ̃na be, woagbe nya na ye o, eye meyia nunyalawo gbɔ o.

Lododowo 17:4

Vɔ̃ɖitɔ léa to ɖe alakpanuyiwo ŋu, eye aʋatsokala ƒua to anyi ɖe gbegblẽ ƒe aɖe ŋu.

Lododowo 19:5

Aʋatsoɖasefo metsi tomahe o, eye amesi nu alakpa ɖona le la, masi o.

Lododowo 19:9

Aʋatsoɖasefo metsi tomahe o, eye amesi nu alakpa doa le le atsrɔ̃.

Lododowo 22:10

Ne ènyã vlodola ɖa la, ekema dzrewɔwɔ hã dzo, eye nyawɔwɔ kple dzu nu yi.

Lododowo 24:28

Meganye ɖasefo de nɔviwò ŋu dzodzro o, eye megatsɔ wò nuyiwo da alakpae o.

Lododowo 27:5-6

Mokaka ɖe mo na ame kaŋ enyo wu amelɔlɔ̃ le adza me. Xɔlɔ̃ ƒe abidede ame ŋu medze vɔ̃ o; ke ketɔwo ƒe nugbugbɔ sɔ gbɔ ŋutɔ!

Lododowo 29:12

Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã.

Lododowo 30:5-6

Mawu ƒe nuƒoƒowo katã me dza; akpoxɔnu wònye na amesiwo sii tso la. Megatsɔ nyaa ɖeke kpe eƒe nyawo, ne wòade ga nu na wò, eye nanye aʋatsotɔ atsi anyi ɖi o.

Nyagblɔla 7:1

Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.

Yesaya 1:2-5

Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye. Nyitsu nyaa etoa, eye tedzi nyaa eƒe aƒetɔ ƒe lãto; ke Israel menyae o, eye nye dukɔ melé ŋku ɖe eŋu o. Baba na mi anyigba dzi nɔlawo, dukɔ, si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo, vodalawo ƒe viwo, vi gbegblẽ wo! Wogblẽ Yehowa ɖi, wodo ɖiŋu na Israel ƒe kɔkɔeto la, eye wogbugbɔ ɖe megbe. Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli.

Yesaya 1:28

Woagbã godzelawo kple nuvɔ̃wɔlawo siaa nyanyanya, eye amesiwo trɔ le Yehowa yome la nu ayi.

Yesaya 5:20-21

Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotso kekeli wo vivitii, amesiwo tsoa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wo vevee! Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me.

Yesaya 8:13-14

Mibu Yehowa Zebaot kokoe, eye eya nenye vovɔ̃ kple ŋɔdzi na nu. Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiaɖia ƒe kpe kple agakpe kikli na Israel ƒe aƒe eveawo, eye anye mɔ̃ kple adoboli na Yerusalemtɔwo;

Yesaya 8:20

Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.

Yesaya 14:12-16

Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba! Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; malia alilikpowo ta me, eye mia kple dziƒoʋĩtɔ la mianɔ tasɔsɔ me. Ke woatutu wò aƒu tsieƒe, ɖe aʋli doblukɔ tsiɖitsiɖi la me. Amesiwo kpɔ wò la, aɖe ŋku ɖe wò, agaɖe ŋku ɖe wò ʋuu agblɔ bena: Ŋutsu, si na anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo la, nye esia?

Yesaya 19:3

Maɖe gbɔgbɔ le Egipte me keŋkeŋ, eye magblẽ eƒe tameɖoɖo me, eye woabia nu legbawo, dzotɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.

Yesaya 28:7

Ke wein le ya mum amesiawo hã, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã. Aha muame le ya mum nunɔla kple nyagblɔɖila, wein toto ta me na wo, eye aha muame na wole yiyim sagãsagã; wole ya mum le nyagblɔɖi gbɔ, eye wole yiyim sagãsagã le afiatsotso gbɔ.

Yesaya 29:13

Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,

Yesaya 29:16

Oo, mieflu mia ɖokui! Ɖe tsu le abe zemela ene, ne nuwɔwɔ nagblɔ na ewɔla be: Menye wòe wɔm o, eye numeme nagblɔ na emela be: Mele ɖeke nyɔm oa?

Yesaya 29:24

tamedadatɔwo ase nu gɔme, eye tosẽlawo asrɔ̃ nunya.

Yesaya 30:9

Elabena dukɔ sẽto, vi dalakpa, vi, siwo gbe Yehowa ƒe nufiamewo sese la, wonye;

Yesaya 30:10-13

amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi! Mite ɖa le mɔ la dzi midze le toƒe la, eye mina Israel ƒe kɔkɔetɔ la nabu le mía ŋku me! Eyata ale Israel ƒe kɔkɔetɔ la gblɔ esi: Esi miedo vlo nya sia, eye mieɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ kple ayedzedze ŋu heziɔ ɖe eŋu la, miaƒe vodada sia azu abe gli dzeabi, si le mumũm hetre azã le gli kɔkɔa ɖe ŋu la ene, esi ƒe mũɣi aɖo zi ɖeka kpoyi.

Yesaya 44:25

Eya, amesi gblẽa nu kpoloe ƒolawo ƒe dzesi me, eye wòdoa bometsila afakalawo; eya, amesi nana nunyalawo gbugbɔna, eye wòdoa lã woƒe nunya;

Yesaya 56:10-11

Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim. Do le avũawo wum vevie, eye womenya ƒoɖiɖi o, lãkplɔvi, siwo mele ɖeke nyam o la, wonye; wo katã wòlé woƒe mɔ, eye wo dometɔ ɖesiaɖe le eƒe viɖe yome dim le goawo katã me.

Yesaya 57:4

Ameka ŋu miele fefem le, ameka ŋu mieke nu ɖo baa, eye miedo aɖe ɖe go biɖaa ɖo? Ɖe menye godzelawo ƒe dzidzimeviwo kple alakpaviwo mienye,

Yeremya 5:11-13

Yehowa be: Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe dze go ɖem. Wosẽ nu le Yehowa ŋu gblɔ bena: „Menye eyae o; dzɔgbevɔ̃e mava mía dzi o, eye míakpɔ yi kple dɔwuame kple ŋku o; nyagblɔɖilawo azu ya, elabena menye eyae ƒo nu to wo dzi o; woawo ŋutɔwo ŋu ke woaɖi.“

Yeremya 5:30-31

Ŋɔdzinu kple ŋunyɔnue dzɔ le anyigba dzi: Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?

Yeremya 6:13-14

Elabena wo katã wonye amebalawo tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi; wo katã wonye alakpatɔwo tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi. Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.

Yeremya 9:5-6

Amesiame flua ehavi, eye wometoa nyateƒe o; wona alakpadada ma woƒe aɖe, eye wokua kutri le nu tovo wɔwɔ me. Yehowa be: Alakpadada le dowòme, eye wogbe sidzedzem le alakpadada ta.

Yeremya 9:8

Aŋutrɔ wuame enye woƒe aɖe, eye wodaa alakpa; wotsoa woƒe aɖe gblɔa nya fafɛ na wo havi, ke aye le woƒe dzi me.

Yeremya 14:14-15

Eye Yehowa gblɔ nam bena: Alakpanya gblɔm nyagblɔɖilawo le ɖi le nye ŋkɔ me, nyemedɔ wo o, nyemede se na wo o, eye nyemeƒo nu kpli wo o; alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple woƒe dziwo ƒe amebeble gblɔm wole na mi. Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖila, siwo nyemedɔ o, hafi wole nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me be: Yi kple dɔwuame manɔ anyigba sia dzi o la ŋu enye si: Yi kple dɔwuame awu nyagblɔɖila mawo.

Yeremya 17:5

Ale Yehowa gblɔ esi: Aɖi ŋutsu, si ƒe dzi te ɖa le Yehowa ŋu, eye wòle dzi ɖom ɖe amegbetɔ ŋu hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe alɔe la ŋuti kpekpekpe!

Yeremya 17:9-10

Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma? Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.

Yeremya 23:9

Ɖe nyagblɔɖilawo ŋu: Nye dzi fli ɖe do me nam, eye nye ƒuwo katã zu behebehe; mezu abe ahamula kple ŋutsu, si wein wu ko na la ene le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔeawo ta.

Yeremya 23:11-12

Yehowa be: Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye ame tovowo, eye mekpɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le aƒenye me ke hã. Elabena woƒe mɔ dzi aɖiɖi dredredre na wo le blukɔ me, eye woakli nu adze anyi le edzi; elabena mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi le ƒe, si me mahe to na wo la, Yehowa ye gblɔe.

Yeremya 23:14-15

Ke mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã le nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene. Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋu enye si: Kpɔ ɖa, mana atsa wo woaɖu, eye makpe aɖitsi na wo woano; elabena nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem, gbɔ nu tovo wɔwɔ yi ɖe anyigba blibo la dzi.

Yeremya 23:16-17

Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la o; mia flum wole, eye woawo ŋutɔ ƒe dzi ƒe ŋutega tom wole, menye Yehowa ƒe nu me wòtso o, Wole gbɔgblɔm na amesiwo le vlo domem la be: „Eme anyo na mi“, eye wole gbɔgblɔm na amesiwo katã le zɔzɔm ɖe woƒe dzimesesẽ nu la be: „Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mava mia dzi o“.

Yeremya 23:20-21

Yehowa ƒe dɔmedzoe matrɔ kɔ o, negbe ɖeko wòawɔ eƒe dzimesusu dzi ade goe hafi; le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la miadze sii. Menye nyee dɔ nyagblɔɖilawo, hafi wole du ƒum o, eye menye nyee ƒo nu kpli wo, hafi wole nya gblɔm ɖi o.

Yeremya 23:25-29

Mese nyagblɔɖilawo ƒe nuƒoƒo, amesiwo le alakpanya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me be: Meku drɔ̃e, meku drɔ̃e! Ɣekaɣi hafi nyagblɔɖila, siwo gblɔa alakpanya ɖi, amesiwo nye nyagblɔɖilawo le woƒe dzi ƒe alakpadada nu la, atrɔ ta me? Wo amesiwo di be, yewoatsɔ yewoƒe drɔ̃ekuku, siwo wo dome amesiame li na ehavi la, ana nye dukɔ naŋlɔ nye ŋkɔ be, abe alesi wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be le Baal ŋuti ene. Yehowa be: Nyagblɔɖila, si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e, eye amesi si nye nya le la, negblɔ nye nya le nyateƒe me; tsro gbɔ nya kae tsɔ lu gbɔ nya? Yehowa be: Ɖe nye nya mele abe dzo ene, eye abe zũ, si agba agakpe gudugudu la ene oa?

Yeremya 23:31-32

Yehowa be: Kpɔ ɖa, mado ɖe nyagblɔɖila, siwo gblɔa woawo ŋutɔ ƒe nya henɔa gbɔgblɔm be „Mawu ƒe gbee“ la dzi. Kpɔ ɖa, ale Yehowa gblɔ esi: Mado ɖe amesiwo tsɔ alakpa drɔ̃ewo gblɔa nya ɖi, eye wolia wo la dzi, amesiwo tsɔa woƒe alakpadadawo kple adegbeƒoƒowo kplɔa nye dukɔ tranae, evɔ wònye nyemedɔ wo o, eye nyemeɖo wo ɖa o hafi; womenye viɖea ɖeke na nye dukɔ o, Yehowa ye gblɔe.

Yeremya 23:34-36

Eye ne nyagblɔɖila, nunɔla kple dukɔ la gblɔ be „Yehowa ƒe agba“ la, mahe to na ŋutsu ma kple eƒe aƒe siaa. Ale mia dome amesiame nagblɔ na ehavi kple nɔvia enye si: Aleke Yehowa ɖo eŋui, eye nya ka Yehowa gblɔ? Ke migakɔ nu le „Yehowa ƒe agba“ dzi azɔ o; elabena amesiame ƒe nya azu agba nɛ, le esi mietrɔ gbo Mawu gbagbe, Yehowa Zebaot, mía Mawu la ƒe nyawo ta.

Yeremya 23:38-40

Ke esi mienɔa gbɔgblɔm be „Yehowa ƒe agba“ la, le esia ta Yehowa gblɔ be: Esi miele nya sia gblɔm be „Yehowa ƒe agba“, evɔ wònye meɖo ame de mi gblɔ be, migagblɔ be „Yehowa ƒe agba“ o hafi la, eyata kpɔ ɖa, makɔ mi ɖe dzi, eye matsɔ mia kple du, si metsɔ na mia kple mia fofowo la, aƒu gbe tso ŋkunye me, eye mahe ŋukpe mavɔ kple vlododo mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, ava mia dzi.

Yeremya 27:9-10

Ke miawo la migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃ekulawo, gbesalawo kple dzotɔwo, amesiwo le gbɔgblɔm na mi be, miasubɔ Babel-fia o la o. Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi, be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigba dzi, ne manyã mi, eye miatsrɔ̃.

Yeremya 27:14-16

Eye migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le gbɔgblɔm na mi be, migasubɔ Babel-fia o la ƒe nyawo o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi. Yehowa be: Menye nyee do wo o, alakpanya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me, ne manyã mi ɖa, eye mia kple nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la, miatsrɔ̃. Eye ale megblɔ na nunɔlawo kple dukɔ blibo sia enye si: Yehowa be: Migaɖo to miaƒe nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi be: Kpɔ ɖa, woahe Yehowa ƒe aƒe me nuwo agbɔe tso Babel kaba la ƒe nya o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi.

Yeremya 29:8-9

Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Migana miaƒe nyagblɔla, siwo le mia dome, kple miaƒe bokɔnɔwo nable mi o, eye migalé to ɖe miaƒe drɔ̃e, siwo miekuna la ŋu o. Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Menye nyee do wo o, Yehowa ye gblɔe!

Yeremya 50:6

Alẽ tatrawoe nye nye dukɔ; wo kplɔviwo flu wo, eye wokplɔ wo tra yi towo dzii, wole tsatsam tso to dzi yi togbɛ dzi, eye woŋlɔ wo miaƒe be.

Xezekiel 3:18-21

Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: „Ele kuku ge,“ eye mexlɔ̃ nui heƒo nu kplii be, ame vɔ̃ɖi la nakpɔ eɖokui dzi ɖe eƒe mo vɔ̃ɖiwo ŋu, ne woatsi agbe o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodadawo ta; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le. Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi, la, eye wogbe asiɖeɖe le eƒe vɔ̃ɖinyenye kple eƒe mɔ vɔwo ŋu la, ekema aku le eƒe vodadawo ta; ke wò la eɖe wò agbe. Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, ekema maɖo nu nɛ, wòakli aku. Elabena esi mèxlɔ̃ nui o la, eyata woku le eƒe nuvɔ̃wo ta ɖo, eye womagaɖo ŋu eƒe nu dzɔdzɔe, siwo wòwɔ la o; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le. Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nuvɔ̃ o, eye ame dzɔdzɔe la mewo nuvɔ̃ o, ke boŋ wòna woxlɔ̃ nui la, ekema atsi agbe; eye wò la eɖe wò agbe.

Xezekiel 12:24

Elabena ŋutega dzodzroa ɖeke kple alakpanyagblɔɖi maganɔ Israel ƒe aƒe la me azɔ o.

Xezekiel 13:1-3

Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe nyagblɔɖilawo, amesiwo le nya gblɔm ɖi la ŋu, eye nagblɔ na amesiwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me la bena: Mise Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na nyagblɔɖila tsibomewo, amesiwo dze woawo ŋutɔ ƒe dzi kple nusi womekpɔ o la yome!

Xezekiel 13:4-7

Israel, wò nyagblɔɖilawo zu abe abeiwo le glikpowo me ene. Miexe gbagbãƒewo o, eye mieɖo gli ɖe Israel ƒe aƒe la ŋu, ne wòanɔ te ɖe aʋa nu le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o. Nu dzodzroa kpɔm wole, eye alakpanya gblɔm wole ɖi; wo, amesiwo le gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbe enye si,“ evɔ wònye Yehowa medɔ wo o hafi, eye wole mɔ kpɔm be, nya la ava me. Ɖe menye ŋutega dzodzroa míekpɔ, eye miegblɔ alakpanya ɖi le gbɔgblɔm be; „Yehowa ƒe gbe enye si,“ evɔ wònye nyemeƒo nu hafi o oa?

Xezekiel 13:8

Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi mieƒo nu dzodzroa, eye miekpɔ alakpanu la, eyata maƒo ɖe mia dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.

Xezekiel 13:9-16

Nye asi ava nyagblɔɖila, siwo kpɔa nu dzodzroa, eye wogblɔa alakpanya ɖi la dzi: womanɔ nye dukɔ ƒe ha me o, womaŋlɔ wo ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe agbalẽ me o, eye womade Israel-nyigba dzi o, ne wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa. Elabena wokplɔ nye dukɔ la trae hele gbɔgblɔm be „ŋutifafa“, evɔ wònye ŋutifafaa ɖeke meli o hafi. Dukɔ la ɖo gli, eye woawo si akalo nɛ. Gblɔ na akalosilaawo be: Tsidzadza gbɔna hahaha, tsikpewo adza, eye ahom atu, eye gli la amũ! Ɖe womegblɔ na mi emegbe be: Afika akalo, si miesi la, le hã oa? Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana ahom natu le nye dziku me, tsi nadza bababa le nye dɔmedzoe me, eye tsikpewo nadza le nye dziku me, ne woagblẽ nu. Mamũ gli, si miesi akalo na la, eye matutui aƒu anyi, ale be eƒe agunu natsi go; amũ, eye miawo miaku ɖe ete, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. Matrɔ nye dziku blibo la aƒo ɖe gli la kple amesiwo si akalo nɛ la dzi ahagblɔ na mi be: Glia nu yi, eye amesiwo si akalo nɛ la nu yi, woawo nye Israel ƒe nyagblɔɖilawo, amesiwo gblɔ nya ɖi ɖe Yerusalem ŋu, eye wokpɔ ŋutifafa ŋutega nɛ, evɔ wònye ŋutifafa meli o hafi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!

Xezekiel 13:17

Wò amevi, trɔ ŋgɔ dze wò dukɔ ƒe nyɔnuvi, siwo le nya gblɔm ɖi tso woawo ŋutɔ ƒe dzi me, eye nagblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu,

Xezekiel 13:22-23

Esi mietsɔ alakpa do nuxaxa na ame dzɔdzɔe ƒe dzi, evɔ wònye nyemebe, mado nuxaxa nɛ hafi o, eye mieɖo ŋusẽ ame vɔ̃ɖi ƒe asi, be magatrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, ne woatsi agbe o la, eyata miagakpɔ nu dzodzroa azɔ o, eye miagagblɔ alakpanya ɖi azɔ o, eye maɖe nye dukɔ le mia si me, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.

Xezekiel 22:28

Woƒe nyagblɔɖilawo sia akalo ɖe nu ŋu na wo, wokpɔa aʋatso-ŋutega, eye wogblɔ alakpanya ɖi na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi; evɔ wònye Yehowa meƒo nu o hafi.

Xezekiel 28:6-7

eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Esi newɔ wò dzi abe Mawu to ene la, eyata kpɔ ɖa, makplɔ du bubu me to, siwo nye ŋutasẽlawo aƒu wò dukɔ, woadi yi ɖe wò nunya ƒe nyonyo ŋu, eye woado gu wò atsyɔ̃.

Xezekiel 33:3-6

ekpɔ yi gbɔna ɖe anyigba la ŋu, eye woku kpẽ xlã nu dukɔ la, eye amea ɖe se kpẽa ƒe ɖiɖi, ke mena woxlɔ̃ nui o, eye yi la va ɖee ɖa la, ame ma ƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Ne ese kpẽa ƒe didi, eye mena woxlɔ̃ nui o la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ dzi; ke ne ame ma na woxlɔ̃ nui la, ade eƒe agbe. Ne gbetakpɔla kpɔ yi gbɔna, ke meku kpẽ o, eye mexlɔ̃ nu dukɔ la o, eye yi va heɖe ame ɖeka ɖa le wo dome la, ame ma ƒe vodada tae woɖee ɖa ɖo, ke mabia eƒe ʋu tso gbetakpɔla la si me.

Xezekiel 33:7-9

Amevi, wòe metsɔ ɖo gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nyaa ɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam. Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: „Ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge,“ ke meƒo nu hexlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la le eƒe zɔzɔme ŋuti o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodada ta, ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me. Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la le eƒe zɔzɔme ŋuti, be wòaɖe asi le eŋu, eye wogbe asiɖeɖe le eƒe zɔzɔme ŋu la, ekema aku le eƒe vodada ta, ke wò la èɖe wò agbe.

Xezekiel 33:14-15

Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be, aku kokoko, gake wòɖe asi le eƒe nuvɔ̃ ŋu, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, ame vɔ̃ɖi la gbugbɔ awɔbanu na, eɖo nusi wòda adzoe la teƒe, eye wòzɔ ɖe ɖoɖo agbetɔwo nu, be megawɔ nu vɔ̃ɖi azɔ o la, ekema ano agbe kokoko, maku o.

Xezekiel 33:17-20

Ke mia ɖeviwo le gbɔgblɔm be: Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o; evɔ wònye woawo ŋutɔ ƒe nuwɔnae mele eteƒe o hafi. Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, esia tae wòaku ɖo. Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu hewɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, esia tae wòana agbe ɖo. Eye ne miele gbɔgblɔm be: Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o hã la, Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe amesiame ƒe zɔzɔme nu!

Xezekiel 34:2-6

Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe lãkplɔviwo ŋu, lãkplɔviawo ŋue nagblɔ nya ɖo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na Israel ƒe lãkplɔviwo, amesi nyi woawo ŋutɔ ɖokui; ɖe menye lãhawoe lãkplɔviwo nanyi oa? Mieno notsi, mietsɔ lãfu wɔ avɔe ta, eye miewu lã damiwo, ke mienyi alẽawo o. Miedo ŋusẽ lã kudɔewo o, eye mieyɔ do esiwo ƒe lãme gblẽ o, miebla abi na esiwo ŋe ata o, miegbugbɔ esiwo ka hlẽ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu la o, ke boŋ mieɖu amegã ɖe wo dzi kple sesẽ, eye miesẽ ŋuta le wo ŋu. Woka hlẽ, elabena kplɔla mele wo nu o, wòzu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, eye woka hlẽ. Nye alẽwo le tsa glãla tsam le towo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã dzi, eye nye alẽwo ka hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi; amea ɖeke meli abla wo ta ase alo adi wo o.

Xezekiel 34:8-10

Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Esi nye alẽwo zu nuhaha, eye nye alẽwo zu nuɖuɖu na gbemelãwo katã, elabena kplɔlaa ɖeke meli o, eye nye lãkplɔviwo mebiaa nye alẽwo ta sena o, lãkplɔviawo nyi woawo ŋutɔ ɖokui, eye wogbe nye alẽwo nyinyi la, eyata mi lãkplɔviwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe lãkplɔviawo dzi, eye mabia nye alẽwo tso wo si me, mana be, womagakpɔ nye alẽwo dzi azɔ o, eye lãkplɔviawo maganyi woawo ŋutɔ ɖokui azɔ o, maɖe nye alẽwo le ve me na wo, be womaganye nuɖuɖu na wo azɔ o.

Xezekiel 34:17

Mi, nye lãhawo, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome, le agbo kple gbɔ̃tsu dome.

Xezekiel 34:20-22

Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ dami kple alẽ ɖiku dome. Esi mietsɔ axadame kple abɔgba mimi lã kudɔeawo katã ɖo, eye mietu dzo wo, vaseɖe esime mienyã wo do goe la, eyata maxɔ na nye alẽwo, eye womaganye nuhaha azɔ o, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome.

Xezekiel 35:13

Mietsɔ miaƒe nuwo ƒo adegbe ɖe ŋunye, eye miedudu nya ƒo ɖi bababa ɖe ŋunye mese.

Hosea 4:6

Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.

Hosea 4:12

Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome.

Mixa 3:5-7

Ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋu, wo amesiwo kplɔa nye ɖukɔ tranae, eye ne woƒe aɖu kpɔ nu le ɖuɖum la, woɖoa boblo ŋutl-fafa, ke wotsɔa aʋa ɖe amesi mena nu wo, be woaɖu o ŋu la, enye si: Eyata zã ghɔna ɖoɖo ge na ml, miakpɔ ŋutega o; blukɔ le dodo ge na mi, miaka afã o; ɣe aɖo to ɖe nyagblɔɖilawo, eye ŋke-ke anyɔ tsiɖitsiɖi ɖe wo. Ŋu-kpe alé nukpɔlawo, bokɔnɔwo ƒe mo atsi ɖã, eye wo katã woabla nu ɖe ge, elabena Mawu megale nya ŋu ɖom azɔ o.

Mixa 3:11

Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o.

ZAXARYA 8:16-17

Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eleƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me! Migaɖo vɔ̃ ɖe dzi me ɖe mia nɔewo ŋu o, eye alakpatamkaka megavivi mia nu o, elabena melé fu nusiawo kafã, Yehowa ye gblɔe.

ZAXARYA 10:2

Elabena aklama kpakpɛwo gblɔa nya maɖinyawo, eye hokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o, eye woƒe akɔfaname la toflokoe; eyata woanɔ tsa glãla tsam abe alẽwo ene, eye fu awɔ wo, elabena lãkplɔvla ɖeke meli o.

ZAXARYA 11:17

Baba na lãkplɔvi dzodzro, si gblẽ lãha la ɖe ya me! Yi neva eƒe alɔ kple eƒe ɖusi ŋku dzi! Eƒe alɔ aƒu kplakplakpla, eye eƒe ɖusl ŋku agbã.

ZAXARYA 13:2-5

Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Le ɣemaɣi la matsrɔ̃ legbawo ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, eye womagava ŋku dzi na ame azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu natso le anyigba dzi. Eye ne amea ɖe gale nya gblɔm ɖi la, ekema eƒe dzilawo, fofoa kple dadaa woagblɔ nɛ bena: Mãtsi agbe o, elabena ègblɔ alakpanya le Yehowa ƒe ŋkɔ me; eye eƒe dzilawo, fofoa kple ɖaɖaa, woaɖa nui, ne egblɔ nya ɖi. Le ɣemaɣi la ŋu akpe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ŋutega ŋu, ne egblɔ nya ɖi, eye womaɖo lãfuwu, be woaflu ame o. Wo ɖo-metɔ ɖesiaɖe agblɔ bena: Nyemenye nyagblɔɖila o, agbledela menye, eye agbleɖeɖe enye nye ɖɔ tso ɖevime ke.

Maleaxi 2:7-9

Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye. Ke miawo miele ɖa le mo dzi, mietsɔ nufiame na ame geɖewo dze anyi, eye miegblẽ Lewi ƒe nubabla la ɖome. Yehowa Zebaot ye gblɔe. Eyata nye hã meɖl gbɔ mi, eye mehɔhɔ mi ɖe dzi le dukɔ blibo la ŋku me; elabena mielẽ ŋku ɖe nye mɔwo ŋu o, eye miede ame dzi le nufiafia me.

Mateo 5:10-12

Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.

Mateo 5:17-19

Migabu xa bena, meva se la alo nyagblɔlawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ wo nu wu ge meva. Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o. Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.

Mateo 7:3-6

Ke nuka wo nèkpɔa ati fefee, si ɖo nɔviwò ƒe ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋuta wò ŋku dzi la, medzea si eya o mahã? Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ali fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã? Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me. Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.

Mateo 7:13-14

Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mo la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.

Mateo 7:15

Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.

Mateo 7:19-20

Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si wòe!

Mateo 7:21-23

Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!

Mateo 12:32

Eye ne amea ɖe agblɔ nya ɖe amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke amesi ke agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womatsɔe akee le xexe sia alo esi lava, va la me o.

Mateo 13:13-14

Eyata mele nu ƒom na wo le lododowo me ɖo, elabena wole nu kpɔm, eye womekpɔa nu o; wole nu sem, eye womesea nu ahayi egɔme se ge o. Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: „Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; míakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o;

Mateo 13:18-23

Miawo la, azɔ miɖo to lododo la le nukuwula ŋuti. Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la. Ke nusi wowu ɖe kpenyigba dzi la, eya nye amesi, ne ese nyaa la, exɔne enumake kple dzidzɔ; ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu. Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la. Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.

Mateo 15:3

Ke exɔ edzi gblɔ na wo bena: Nukaŋuti miawo hã miedaa Mawu ƒe se la dzi le miaƒe kɔawo ŋuti mahã?

Mateo 15:8-9

„Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.“

Mateo 15:13-14

Eye wòxɔ edzi gblɔ bena: Ati sia ati, si Fofonye, si le dziƒo la, medo o la, woahoe. Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.

Mateo 16:11-12

Aleke wɔ miedze sii kpo bena, menye abolo ŋuti meƒo nu le na mi o bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o mahã? Tete wodze sii bena, menye ɖe wògblɔ bena, yewoakpɔ yewo ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti o, negbe le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe nufiafia la ŋuti boŋ.

Mateo 16:23

Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.

Mateo 18:15-17

Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò. Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi. Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.

Mateo 22:18

Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo!

Mateo 23:1-5

Tete Yesu ƒo nu na amehawo kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Agbalẽfialawo kple farisitɔwo bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi; eyaŋuti nusianu, si wogblɔ na mi la, miwɔe, eye milé eme ɖe asi; gake la migawɔ nu ɖe woƒe nuwɔnawo nu o, elabena wogblɔnɛ, ke womewɔnɛ o. Ke wodoa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔ̃na be, woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o. Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;

Mateo 23:6-12

eye wolɔ̃a kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo kple nɔƒe gbãtɔwo nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo kpakple gbedoname le ablɔawo me, eye bena, amewo nayɔ wo be Rabi. Ke miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwò mienye. Eye migayɔ amea ɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo. Ke amesi nye gãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe subɔla. Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.

Mateo 23:13-15

Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o. Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miemia ahosiwo ƒe aƒewo, eye miedaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa. Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mietsana le ƒu kple anyigba dzi bena miawo trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, ekema miewɔe dzomavɔʋe ƒe vi, si wu mia ŋutɔwo zi eve.

Mateo 23:23-28

Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o. Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo, miele tagbatsu tsyɔm, ke kposɔ miemina. Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mieklɔa kplu kple agba ŋuti, ke wo me yɔ fũ kple adzodada kple aɖifuɖiɖuɖu. Wò farisitɔ, ŋkuagbãtɔ, klɔ kplu me gbãgbiagbã, bena eŋuti hã naɖi. Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo; elabena mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wòsi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kpakple ɖiƒoƒo katã. Nenema ke miawo hã miedzena ame dzɔdzɔewo le gota le amewo ƒe ŋku me; ke mia me yɔ taŋ kple alakpadada kpakple madzɔmadzɔnyenye.

Mateo 23:29-35

Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mieɖɔa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo ɖo, eye miewɔa leke na ame dzɔdzɔewo ƒe ɖiƒewo hegblɔna bena: Ɖe mieli le mia fofowo ŋɔli la, ne miewɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe nu la me o. Alea mieɖia ɖase le mia ɖokui ŋuti bena, míenye amesiwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo. Miawo hã miyɔ mia fofowo ƒe dzidzenu la nu! Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã? Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me, bena nu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe du la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome.

Mateo 24:4-5

Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o. Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nye enye Kristo; eye woaɖu ame geɖewo.

Mateo 24:10-12

Ekema woaɖia ame geɖewo nu, eye woade wo nɔewo asi, eye wòalé fu wo nɔewo. Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo. Eye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.

Mateo 24:24-25

Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã. Kpɔ ɖa, megblɔe ɖi na mi.

Mateo 24:35

Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.

Mateo 28:18-20

Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.

Marko 4:14-20

Nukuwula le nya la wum. Ke esiawo nye amesiwo le mɔ to, afisi wowu nya la ɖo; eye ne wosee ko la, enumake Satana vana, eye wotsɔa nya, si wowu ɖe wo me la, yinɛ. Ke esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la, wonye amesiwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ; eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo. Eye bubu, siwo wowu ɖe ŋuwo dome la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamleawo ƒe amedzodzro yina ɖe wo me, eye wotsyɔa nya la dzi, eye wotsia matsematse. Eye esiwo wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye woxɔnɛ, eye wotsena, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, ɖewo alafa.

Marko 7:6-7

Eɖo ŋu na wo bena: Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mi alakpatɔwo ŋuti, abe alesi woŋlɔe ɖi ene bena: „Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Ke dzodzroe wole subɔyem, hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiãm.“

Marko 7:8-9

Miegblẽ Mawu ƒe se la ɖi, eye mielé amewo ƒe kɔnyinyi me ɖe asi le zewo kple kplu wo kɔklɔ me; eye nu bubu geɖe, siwo le abe esiawo ene la, miewɔna. Eye wògblɔ na wo bena: Mieɖe Mawu ƒe se la ɖa nyuie, bena mianyi mia ŋutɔwo ƒe kɔ.

Marko 13:22-23

Ke aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo latsi tre, eye woawɔ dzesi wo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, ne woaflu ame tiatiawo hã. Ke miawo la mikpɔ nyuie! Kpɔ ɖa, megblɔ nuwo katã ɖi na mi!

Marko 13:31

Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.

Luka 4:4

Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe le Mawu ƒe nya sia nya ŋuti.“

Luka 6:26

Baba na mi, ne amewo katã aƒo nu nyuie le mía ŋuti; elabena nenema ke wo fofowo wo na aʋatsonyagblɔɖilawo.

Luka 6:39-40

Eye wòdo lo hã na wo bena: Ɖe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Alo ɖe wo ame eve la katã madze do me o mahã? Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, ke amesiame, si wofia nui la, lanɔ abe eƒe nufiala ene.

Luka 8:11-15

Ke lo lae nye esi: Nuku la enye Mawu ƒe nya. Ke esiwo le mɔ to la, woawo nye amesiwo le esem; tete Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yine, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o. Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe. Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o. Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.

Luka 8:17-18

Elabena naneke mele ɣaɣla, si womelé ɖeɖe ge ɖe go o, eye naneke hã mele vivi me, si womelé nyanya ge alo le kekeli me va ge o. Eyaŋuti mikpɔ nyuie, alesi miese; elabena amesi nu le esi la, woanae; eye amesi nu mele esi o la, woaxɔ nusi wòsusu be, ele ye si hã le esi.

Luka 16:17

Ke ele bɔbɔe, be dziƒo kple anyigba nu nayi wu esi se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka natsi anyi.

Luka 21:8

Eye wògblɔ bena: Mikpɔ nyuie, bena woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ bena: Nyee nye esi, eye azãgbe la ɖo vɔ! Migadze wo yome o.

Luka 21:33

Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.

Yohanes 2:24-25

Ke Yesu ŋutɔ medo ŋu ɖe wo ŋu o; elabena edze si wo katã; eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.

Yohanes 3:18-20

Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o. Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o.

Yohanes 4:23-24

Gake gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbeɖoɖala siawo tɔgbe. Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.

Yohanes 7:16-17

Tete Yesu ɖo ŋu na wo, eye wògblɔ bena: Nye nufiafia la menye tonye o, ke boŋ amesi dom ɖa la tɔe. Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.

Yohanes 7:19-20

Alo menye Mose ye na se la mi oa, eye mia dometɔa ɖeke mewo se la dzi o; nukaŋuti miele didim be, mia wum mahã? Ameha la ɖo ŋu bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo: ameka le didim be, yeawu wò mahã?

Yohanes 7:24

Migatrɔ̃ ʋɔnu le dzedze nu o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.

Yohanes 8:12

Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.

Yohanes 8:31-32

Tete Yesu gblɔ na Yudatɔ, siwo xɔ edzi se la bena: Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.

Yohanes 8:43-44

Nukaŋuti miele si dzem nye nuƒoƒo oa? Elabena miate ŋu ase nye nya la o. Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.

Yohanes 8:47

Amesi tso Mawu me la, sea Mawu ƒe nyawo; miawo la miele wo sem o, le esi mietso Mawu me o la ta.

Yohanes 9:39-41

Eye Yesu gblɔ bena: Nye la ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexe sia me ɖo, bena amesiwo mele nu kpɔm o la, ne woakpɔ nu, eye amesiwo le nu kpɔm la, ne woazu ŋkuagbãtɔwo? Eye farisitɔ, siwo le eŋuti la see, eye wogblɔ nɛ bena: Ɖe miawo hã míenye ŋkuagbãtɔwo mahã? Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe míenye ŋkuagbãtɔwo la, ne nuvɔ̃ mele mia ŋu o; ke azɔ la miele gbɔgblɔm bena: Miele nu kpɔm; eyata miaƒe nuvɔ̃ la tsi anyi.

Yohanes 10:1-5

Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi metoa agboa nu heyina ɖe alèxɔa me o, ke wòyi ɖaliaa afi bubu gena ɖe eme la, eya nye fiafitɔ kple adzodala. Ke amesi toa agboa nu heyina ɖe eme la, alẽwo ƒe kplɔla wònye. Eya la agbonudzɔla ʋuna nɛ, eye alẽawo sea eyama ƒe gbe, eye wòyɔa ye ŋutɔ ƒe alẽwo kple ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe. Ne eɖe ye ŋutɔ tɔwo katã do go la, edzea ŋgɔ na wo, eye alẽawo dzea eyome, elabena wodzea si eƒe gbe. Ke womele ame futɔ yome dze ge o, ke boŋ wòasi le egbɔ, elabena womedzea si ame tutɔwo ƒe gbe o.

Yohanes 10:12-13

Nyee nye alẽkplɔla nyui la, alẽkplɔla nyui la tsoa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Eye amesi nye agbatedɔwɔla, eye menye alẽkplɔla o, amesi alẽawo menye eya ŋuta tɔ o la, kpɔa amegãxi gbɔna, eye wògblẽa alẽawo ɖi, eye wòsina, eye amegãxi la léa alẽawo, eye wòka wo gbẽ; esina, elabena agbatedɔwɔla wònye, eye meléa be na alẽawo o.

Yohanes 12:37-40

Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o, bena woawu nya, si nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi la nu bena: „Aƒetɔ, ameka xɔ miaƒe nyagbɔgblɔ la dzi se mahã? Eye ameka woɖe Aƒetɔ ƒe abɔ la fia mahã?“ Le esia ta womete ŋu xɔe se o; elabena Yesaya gagblɔ bena: „Egbã woƒe ŋkuwo, eye wòna woƒe dzi sẽ, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo, eye woase nu gɔme kple dzi, eye woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“

Yohanes 12:48

Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.

Yohanes 14:6

Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.

Yohanes 14:15

Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.

Yohanes 14:17

Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyanɛ hã o; ke miawo la mienya eyama, elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me.

Yohanes 14:26

Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.

Yohanes 15:26

Ne nyaxɔɖakɔla va, amesi maɖo ɖe nu atso Fofo la gbɔ, nyateƒe la ƒe Gbɔgbɔ, si doa go tsoa Fofoa gbɔ la, eyama aɖi ɖase le ŋutinye;

Yohanes 16:13

Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.

Yohanes 17:17

Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe?

Dɔwɔwɔwo 5:3-4

Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã? Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.

Dɔwɔwɔwo 7:51

Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.

Dɔwɔwɔwo 20:28

Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.

Dɔwɔwɔwo 20:29-31

Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo de wo ɖokui yome. Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.

Dɔwɔwɔwo 26:18

be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.

Romatɔwo 1:18

Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.

Romatɔwo 1:20-21

Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o. Eyata esi wònye wonya Mawu hafi, gake womekafunɛ abe Mawu ene o, ke boŋ woƒe tamesusuwo zu yaka, eye woƒe dzi masenugɔmewo do viviti la.

Romatɔwo 1:22

Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,

Romatɔwo 1:25

amesiwo tso Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsokaka, eye wovɔ̃, eye wosubɔ nuwɔwɔ wu wɔla, si wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

Romatɔwo 2:13

Elabena menye amesiwo sea se la, wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me o, hafi boŋ woatso afia na amesiwo wɔa se la dzi.

Romatɔwo 3:4

Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“

Romatɔwo 3:11-13

Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o! Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Amea ɖeke meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o. Yɔdo, si le nuvo la, enye woƒe ve me, woƒe aɖewo gblɔa nya vivi ŋanɛŋanɛ; ƒliwo ƒe aɖi le woƒe nuyiwo me;

Romatɔwo 7:12

Eva la se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe, le dzɔdzɔe, eye wònyo.

Romatɔwo 9:1

Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele aʋatso kam o, esi nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ kɔkɔe me

Romatɔwo 10:2-4

Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o. Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o. Elabena se la ƒe nuwuwu enye Kristo, bene amesiame, si xɔna sena la, nakpɔ dzɔdzɔenyenye.

Romatɔwo 10:17

Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana.

Romatɔwo 11:8

abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, ena ŋku wo, bene womagakpɔ nu o, kple to wo, bene womagase nu o“ vaseɖe egbegbe.

Romatɔwo 14:1

Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o.

Romatɔwo 16:17-18

Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ. Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.

Korintotɔwo I 1:21-25

Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la. Elabena Yudatɔwo biaa dzesiwo, eye Helatɔwo ɖia nunya yome; ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo; ke hena wo amesiwo woyɔ la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, mieɖea gbe ƒã Kristo, si nye Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la. Elabena Mawu ƒe bometsitsi nyaa nu wua amegbetɔwo, eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sẽa ŋu wua amegbetɔwo,

Korintotɔwo I 2:1-5

Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o. Elabena nyemebu bena, menya nane le mia dome o, negbe Yesu Kristo ko, amesi kekeake woklã ɖe atitsoga ŋu la. Eye mena mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me; eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me, bene miaƒe xɔse la naganɔ amewo ƒe nunya me o, hafi nenɔ Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ.

Korintotɔwo I 2:6-8

Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o; ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la, si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.

Korintotɔwo I 2:11-13

Elabena amewo dometɔ kae nya nusi le ame me, ne menye ame ƒe gbɔgbɔ, si le eme la koe oa? Nenema ke amea ɖeke menya nusi le Mawu me la o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ɖeɖekoe. Ke miawo la miexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi Gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la boŋ miexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la. Eye nusiawo miegblɔna hã, eye míetsɔa nya, siwo amewo ƒe nunya fia mi la o, hafi míetsɔa nya, siwo Gbɔgbɔ la fia mí la boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenuwo heɖoa gbɔgbɔmenuwo ŋuti.

Korintotɔwo I 2:14-16

Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme. Ke gbɔgbɔmeme la kpɔa nuwo katã me, ke eya ŋutɔ la amea ɖeke mekpɔa eme o. Elabena ameka dze si Aƒetɔ la ƒe tamesusu, ne wòafia nui mahã? Ke miawo la Kristo ƒe tamesusu le mía si.

Korintotɔwo I 3:11

Elabena amea ɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko.

Korintotɔwo I 3:18-20

Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala. Elabena xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ, elabena woŋlɔ ɖi bena: „Eléa nunyalawo le woƒe aɖaŋu vɔ̃ me.“ Eye wogaŋlɔ be: „Aƒetɔ la dzea si nunyalawo ƒe susuwo bena, wonye dzodzro.“

Korintotɔwo I 9:18

Azɔ ɖe, nukae nye nye fetua? Eyae nye bena, nye amesi le nyanyuie la gblɔm la, mana fetu naganɔ nyanyuie la ŋuti o, bene nyemagawɔ nye ŋusẽ la ŋuti do le nyanyuie lã ŋuti o.

Korintotɔwo I 10:9

Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.

Korintotɔwo I 11:16

Ke ne enyo amea ɖe ŋu be, yeanye dzretɔ la, gake miaƒe nuwɔnawo mele nenem o, eye Mawu ƒe hameawo hã nenema ke.

Korintotɔwo I 11:18-19

Elabena gbã la, ne mieƒo ƒu ɖe hame la ƒe takpekpe me la, mesena bena, mamãwo naa mia dome, eye mexɔa ɖewo dzi sena. Elabena ele vevie bena, kɔmamãwo hã naɖo mia dome, bene amesiwo li ke la, nadze ƒã le mia dome.

Korintotɔwo I 11:27-32

Eyata amesi ke ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple nu la ŋuti. Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu. Elabena amesi ɖunɛ alo nonɛ madzemadze la, eɖua, eye wònoa ʋɔnudɔdrɔ̃ na eɖokui, elabena mebu Aƒetɔ la ƒe ŋutilã me kpɔna o. Esia ŋuti mia dome ame geɖe ƒe lãme gbɔdzɔ, eye amewo le dɔ lém, eye ame geɖewo ku. Elabena ɖe mieɖu mia ɖokui me kpɔ la, anye ne womele ʋɔnu drɔ̃ ge mi o. Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o.

Korintotɔwo I 14:19-21

Ke ne mele ha me la, mele didim bena, matso nye tamesusu agblɔ nya atɔ̃, bene mafia nu ame bubuwo hã awu esi matsɔ gbegbɔgblɔ agblɔ nya akpe ewo. Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo. Woŋlɔ ɖe segbalẽa me bena: „Matsɔ ame bubuwo ƒe aɖewo kple ame bubuwo ƒe nuyiwo aƒo nu kple dukɔ sia, eye nenema hã womaɖe tom o; Aƒetɔ la gblɔe.“

Korintotɔwo I 14:33-38

Elabena Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ. Abe alesi wòle le ame kɔkɔewo ƒe hawo katã me ene la, miaƒe nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le takpekpewo me, elabena womeɖe mɔ na wo bena, woaƒo nu o; ke woaɖo to boŋ, abe alesi se ta gblɔ ene. Ke ne wole didim be, yewoasrɔ̃ nane ta, mina woabia woawo ŋutɔ srɔ̃wo le aƒe me, elabena medze nyɔnuwo bena, woaƒo nu le takpekpe me o. Alo ɖe mia mee mawunya dzɔ tsoa? Alo miawo ɖeɖe gbɔ wòva loo? Ke ne amea ɖe bua eɖokui nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmeme la, nedze si nusiwo meŋlɔ ɖo ɖe mi la bena, Aƒetɔ la ƒe sededewoe. Ke ne amea ɖe medze sii o la, negadze sii o!

Korintotɔwo I 15:1-2

Ke, nɔviwo, mena mienya nyanyuie, si megblɔ fia mi, si miexɔ hã, esi me míetsi tre ɖo hã, si me woxɔ mi ɖe agbe le hã, ne mielée ɖe asi, abe alesi metsɔ nyanyuie la gblɔ fia mi ene la; anye ne miexɔ edzi se dzodzo.

Korintotɔwo I 15:33-34

Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo. Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.

Korintotɔwo 2:11

bena Satana nagaba mi o, elabena mienya eƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ.

Korintotɔwo 2:14-17

Ke woada akpe na Mawu, si nana mieɖua dzi ɖaasi le Kristo me, eye wòɖe eƒe sidzedze ƒe ʋeʋẽ lilili la ɖe go fia to mía dzi le afisiafi. Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le amesiwo woxɔna ɖe agbe la kple amesiwo tsrɔ̃na la dome, hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã? Elabena miele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me mietsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku le le Kristo me ene.

Korintotɔwo 3:6

amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.

Korintotɔwo 3:14-16

ke wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me. Ke vaseɖe egbegbe sia la ɣesiaɣi, si ke woxlẽa Mose la, nutsyɔnu tsyɔa woƒe dziwo dzi. Ke ɣesiɣi woatrɔ le woƒe dzi me ava Aƒetɔ la gbɔ la, woaɖe nutsyɔnu la ɖa.

Korintotɔwo 4:2-4

Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me. Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le, amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.

Korintotɔwo 10:4-6

Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o, ke boŋ ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbaa mɔ̃wo ƒua anyi la, wonye le Mawu ƒe ŋku me — esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye mieɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo; eye mienɔa dzadzraɖoɖi hã, bena ne miaƒe toɖoɖo ade blibo la, míatu fe vɔ̃ le tosesẽ sia tosesẽ ŋuti.

Korintotɔwo 11:3-4

Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ? Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie!

Korintotɔwo 11:13-15

Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo. Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla. Eyata ne eƒe dɔlawo trɔa wo ɖokui abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔlawo ene la, menye nu gã o; amesiawo ƒe nuwuwu ana ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu.

Korintotɔwo 13:5

Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ! Alo ɖe miedze si mia ɖokui bena, Yesu Kristo le mia me oa? Negbe ɖeko mieli ke o.

Galatiatɔwo 1:6-7

Mewo yaa bena, miena wote mi ɖa tso amesi yɔ mi le Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ kaba ŋutɔ ale heyina nyanyuie bubua ɖe me, wònye nyanyuie bubua ɖeke meli o, negbe bena amea ɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyuie la.

Galatiatɔwo 1:8-9

Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyuie la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu! Abe alesi míegblɔ tsã la, magagblɔe fifi hã bena, ne amea ɖe gblɔ nyanyuie la bubui fia mi ɖe esi miexɔ teƒe la, nezu busu!

Galatiatɔwo 1:10-12

Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o. Ke mana mianyae, nɔviwo, bena nyanyuie, si megblɔ fia mi ta, menye amewo to wonye o. Elabena nye hã nyemexɔe tso ame si me, eye nyemesrɔ̃e hã o, ke boŋ mexɔe to Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia me.

Galatiatɔwo 2:4-5

Ke wowɔe le aʋatsonɔvia ɖewo, siwo be va tra ɖe eme, bene woatsa ŋku miaƒe ablɔɖenyenye, si le mía si le Kristo Yesu me la me, bene yewoawɔ mí kluviwo ƒã la ŋuti, amesiwo miena mɔ ɖo to wo gaƒoƒo ɖeka hɔ̃ o, bene nyanyuie la ƒe nyateƒe nanɔ te la mia gbɔ ɖaasi.

Galatiatɔwo 2:11-14

Ke esi Petro va Antioxia la, metsi tre ɖe eŋu le eya ŋutɔ ŋku me; elabena wotso enu. Elabena hafi amea ɖewo tso Yakobo gbɔ va la, eya kple trɔ̃subɔlawo dua nu; ke esi wova la, èhe eɖokui ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖa, elabena evɔ amesiwo tso aʋatsotsoa me la. Eye Yudatɔ susɔeawo hã da alakpa kpakplii, ale gbegbe bena, wohe Barnaba hã ɖe woƒe alakpadada la me. Ke esime mekpe bena, womele zɔzɔm dzɔdzɔe le nyanyuie la ƒe nyateƒe la nu o lã, megblɔ na Petro le wo katã ŋku me bena: Ne wò amesi nye Yudatɔ la, nènɔ agbe abe trɔ̃subɔla ene, eye menye abe Yudatɔ ene o la, aleke wo nèzi trɔ̃subɔlawo dzi, bena woanɔ agbe abe Yudatɔwo ene mahã?

Galatiatɔwo 3:1

O, mi Galatiatɔ manyanuwo! Amekae trɔ tame na mi bena, mieɖo to nyateƒe la o: Mi amesiwo ŋku me woŋlɔ Yesu Kristo ɖo pete, abe amesi woklã ɖe atitsoga ŋu le mia dome la enea?

Galatiatɔwo 6:1-3

Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o. Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ. Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.

Galatiatɔwo 6:6-8

Ke amesi wofiã nui le nya me la, nade ha kple amesi le nu fiam la, le nu nyuiwo katã me. Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.

Efesotɔwo 4:14-15

bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o, ke boŋ la mianye anukwaretɔwo le lɔlɔ̃ me, eye le nusianu me míatsi ali ke ɖe Kristo, si nye ta la me,

Efesotɔwo 4:17-18

Azɔ la mele esia gblɔm, eye mele ɖase ɖim le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagazɔ abe alesi trɔ̃subɔlawo hã zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me la ene o, amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti,

Efesotɔwo 4:25

Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.

Efesotɔwo 4:29

Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.

Efesotɔwo 5:6

Migana amea ɖeke natsɔ nya ƒuƒlu able mi o; elabena nusia ŋuti Mawu ƒe dziku la va vi sẽtowo dzi ɖo.

Efesotɔwo 5:8-10

elabena tsã la mienye viviti, ke azɔ la míezu kekeli le Aƒetɔ la me. Mizɔ abe kekeliviwo ene! Elabena kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me. Mido nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu la kpɔ,

Efesotɔwo 5:11

eye migade ha kple viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o la o, ke mihe nya ɖe wo ŋu boŋ.

Efesotɔwo 6:12

elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.

Efesotɔwo 6:14-17

Azɔ la mitsi tre, eye mitsɔ nyateƒe bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu, eye mitso dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyuie la bla miaƒe afɔ gɔme. Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi. Eye miɖo xoxo ƒe gakuku la, eye mihe Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la, ɖe asi.

Filipitɔwo 1:9-10

Eye esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nana agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me, bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,

Kolosetɔwo 2:4

Ke esia gblɔm mele bena, amea ɖeke nagable mi kple nyaƒoƒoɖeamenu o.

Kolosetɔwo 2:8

Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.

Kolosetɔwo 2:18

Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,

Kolosetɔwo 2:20-23

Ne mia kple Kristo mieku na xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo la, ekema nukaŋuti miena wogale se dem na mi abe ɖe miegale agbe le xexeame ene bena: „Megalée ɖe asi o! Megaɖɔe kpɔ o! Megaka asi eŋu o! nusiwo katã le gbegblẽ ge to wo ŋutidɔwɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu la mahã? Nusiawo tɔgbe xɔ nunya ƒe ŋkɔ le subɔsubɔ, si woa ŋutɔwo tia kple ɖokuibɔbɔɖeanyi kpakple ŋutilã ƒe fuwɔwɔ mè; menye le bubunua ɖeke me o, ke boŋ hena ŋutilã ƒe ƒoɖiɖi.

Kolosetɔwo 3:9-10

migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu,

Tesalonikatɔwo I 5:21

Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.

Tesalonikatɔwo II 2:3

Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go,

Tesalonikatɔwo II 2:9-12

Ame ma ƒe vava lanye le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔm la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lolo, bene woaxɔ wo o. Eye le esia ta Mawu adɔ beble, si nu sẽ la, aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase, bene woadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã mexa nyateƒe dzi se o, ke boŋ madzɔmadzɔnyenye dze wo ŋu.

Tesalonikatɔwo II 2:15

Eyata azɔ, nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe, eye milé nuɖoanyi, si wofia mi, eɖanye to nya alo to míaƒe agbalẽ me o la, ɖe asi.

Tesalonikatɔwo II 3:6

Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.

Timoteo I 1:3-7

Alesi mexlɔ̃ nu wò be, nanɔ Efeso, esime meyina ɖe Makedonia, bene naɖe se na amea ɖewo be, womagafia nu bubu o, eye bena womagaɖo to gliwo kple dzidzimenya, siwo seƒeɖo meli na o, elabena nusiawo hea anukutsyɔtsyɔ geɖewo vɛ wu nusi Mawu ƒe nuɖoanyi le xɔse me la ɖina la, nenema ke megale nu xlɔ̃m wò fifia hã. Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me; nusiwo gbɔ amea ɖewo tre mɔ tso, eye wogbugbɔ yi ɖe nuƒoƒo dzodzrowo gbɔ hele didim be, yewoanye sefialawo, eye womenya nusiwo wogblɔna alo nusiwo dzi woka ɖo la gɔme o.

Timoteo I 2:4-7

amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me. Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li, amesi tsa eɖokui na abe fexexe ɖe amewo katã ta la ene, si nye ɖaseɖiɖi la le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi la me; nusia ŋuti woɖom ɖi menye gbeƒãɖela kple apostolo — nyateƒe gblɔm mele, nyemele aʋatso kam o — kple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala le xɔse kpakple nyateƒe me.

Timoteo I 2:11-14

Nyɔnu la nasrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi kple toɖoɖo katã me. Ke nyemeɖe mɔ na nyɔnu be, wòafia nu, eye wòaɖu ŋutsu dzi o, ke boŋ wòalé eɖokui kpoo. Elabena womè Adam gbã, emegbe la Xawa? Eye womeble Adam o, ke nyɔnu lae woble, eye wòge ɖe vodada me.

Timoteo I 4:1-2

Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me, amesiwo wotsɔ ga xɔdzo ɖe dzesi wo le woa ŋutɔwo ƒe dzitsinya me,

Timoteo I 4:6-7

Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me. Ke nagbe yakagli makɔmakɔ, siwo nyagãwo tona; boŋ do vevie mawusosroɖa.

Timoteo I 4:11-16

De nusiawo ƒe se, eye nafia wo. Megana amea ɖeke naɖo vlo wò ɖekakpuinyenye o, ke boŋ nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me. Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava. Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o. Lé be na nusiawo, nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me. Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.

Timoteo I 5:17-18

Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la. Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Megabla nu na nyitsu, si le mɔli tugum la o,“ eye: „Dɔtsɔla dze eƒe fetu.“

Timoteo I 5:19-22

Ne wotso hamemegãa de nu la, megaxɔe o, negbe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu ko. Amesiwo wɔ nuvɔ̃ la, ka mo na wo le amewo katã ŋku me, bene mamleawo hã navɔ̃. Mele atam kam na wò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋku me bena, nalé nusiawo me de asi, eye amea ɖewo ƒe nu naganyo ŋuwò awu amea ɖewo o, eye megawɔ naneke alé go ɖeka me awu bubu o. Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.

Timoteo I 6:3-5

Fia nusiawo, eye nanɔ nuxɔxlɔ̃ dzi! Ne amea de fia nu bubu, eye meléna de Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nya, siwo le blibo, kple nufiafia, si le mawusubɔsubɔ nu la, nu o la, edoa eɖokui de dzi glodzo, eye menya naneke o, ke boŋ eléa anukutsyɔtsyɔwo kple nyaʋawɔwɔ ƒe do, eye nusiawo hea ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, nya vɔ̃ susu de ame ŋuti kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.

Timoteo I 6:20-21

Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia, si me amea ɖewo ʋu, eye wogatre mɔ tso xɔse la gbɔ. Amenuveve nanɔ anyi kpli wò!

Timoteo II 2:14

Ɖo ŋu nusiawo na wo, eye naɖi ɖase na wo le Aƒetɔ la ŋku me, bene womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖea ɖeke mele o la o, ke boŋ woblua nyaselawo ƒe tame.

Timoteo II 2:15-16

Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene. Ke si le dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo nu; elabena woayi dzi geɖe wu le mawumavɔ̃mavɔ̃ me,

Timoteo II 2:17-19

eye woƒe nya la keke ɖe dzi abe abi vɔ̃ ene, amesiwo dome Himenaio kple Fileto wole, amesiwo tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ hele gbɔgblɔm bena, tsitretsitsi va yi xoxo, eye wotrɔa amea ɖewo ƒe xɔse tsyɔa anyi. Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.

Timoteo II 2:23-26

Ke gbe bometsitsi ƒe yakanukutsyɔtsyɔwo, elabena ènyae bena, wòhea dzre ko vɛ. Ke ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiãa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la, eye woaganyɔ̃ avo atso Abosam, si lé wo aboyo, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe mɔ me mahĩ.

Timoteo II 3:2-5

Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!

Timoteo II 3:6-7

Elabena amesiawo dome amea ɖewo li, siwo gena ɖe aƒewo me dzaa, eye woɖea aboyo nyɔnu abunetɔ, siwo yɔ fũ kple nuvɔ̃wɔwɔ, eye nudzodzro bubu ƒomevi geɖewo kplɔa wo yinɛ, amesiwo srɔ̃a nu ɖaa, eye womate ŋu ava nyateƒe ƒe sidzedze la gbɔ akpɔ o.

Timoteo II 3:8-9

Alesi Yane kple Yambre wotsi tre ɖe Mose ŋuti la, nenema ke woawo hã wotsi tre ɖe nyateƒe la ŋuti; Ame tamegbegblẽtɔwo, amesiwo meli ke le xɔse me o. Ke womayi dzi geɖe wu o, elabena woƒe aɖaʋadzedze la dze ƒã na amewo katã, abe ame mawo tɔ ke hã ene.

Timoteo II 3:12-13

Ke amesiwo katã ɖina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã. Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.

Timoteo II 3:14-17

Ke wò la nɔ nusiwo nesrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me; elabena ènya amesiwo gbɔ nèsrɔ̃e le, eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me. Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.

Timoteo II 4:2-4

Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me. Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.

Tito 1:9-16

amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafia la nu, bena wòate ŋu axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo. Elabena tosẽla geɖewo kple nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo li, vevietɔ le aʋatsotsotɔwo dome, amesiwo nu wòle be, woatsi nya ɖo, amesiwo trɔ ƒome blibo geɖewo ƒe tame hele nu dzodzrowo fiãm le viɖe ƒoɖi ta. Wo dometɔ ɖeka, si nye woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖila la, gblɔ be: „Kretatɔwo nye aʋatsokalawo ɖaa, lã vɔ̃ɖiwo, ƒodo wɔkuviawo.“ Ɖaseɖiɖi sia nye nyateƒe; le esia ta ka mo na wo vevie, bene woanɔ blibo le xɔse me, bene womagaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo kple amesiwo trɔ tso nyateƒe gbɔ la ƒe sededeawo o. Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi. Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.

Tito 2:1-2

Ke wò la gblɔ nusiwo dze nufiafia, si le blibo, bena ame tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me.

Tito 2:3-5

Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo, bene woaxlɔ̃ nu ɖetugbiwo, ne woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo, woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.

Tito 2:6-8

Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be, woaɖu wo ɖokui dzi nyuie. Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie, wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.

Tito 2:9-10

Xlã nu dolawo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔwo ƒe aƒetɔwo, be wòadze wo ŋu le nusianu me: Wòaganye ɖeklemiɖelawo o, womagafi naneke aɣla o; ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui katã afia, bene woaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.

Tito 3:9-11

Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo. Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee; elabena anyae be, amesia tɔgbe gblẽ keŋ, eye wòwɔa nuvɔ̃ hebua fɔ eɖokui.

Hebritɔwo 2:1-3

Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o. Elabena ne nya, si wogblɔ ɖi to mawudɔlawo dzi la, li dzi sesĩe, eye vodada sia vodada kple tosesẽ sia tosesẽ kpɔ eŋuti fetu vɔ̃, si dze la, aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,

Hebritɔwo 3:12

Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,

Hebritɔwo 3:18-19

Ke amekawo wòka atam na bena, ne woahade yeƒe dzudzɔ la me fĩ? Ɖe menye na tosẽlawo o mahã? Eye míekpɔ bena, womete ŋu yi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti!

Hebritɔwo 4:12-13

Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la; eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!

Hebritɔwo 6:4-6

Elabena amesiwo me woklẽ ɖo kpɔ, eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wozu Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe gomekpɔlawo, eye woɖo Mawu ƒe nyanyuie kple xexeme, si le vava ge ƒe ŋusẽwo kpɔ, eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawo wo yeye hena dzimetɔtrɔ, le esi wogaklã Mawuvi la ɖe atitsoga ŋu na wo ɖokui, eye wona wodo ŋukpee la ta.

Hebritɔwo 10:26-29

Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li. Ne amea ɖe do vlo Mose ƒe sea la, ekuna nublanui makpɔmakpɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu; fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?

Hebritɔwo 12:15-17

Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o, bena amea ɖeke maganye ahasiwɔla alo ahɔhlɔ̃bɔla abe Esau, amesi tsɔ ye ŋutɔ ƒe ŋgɔgbedzidzi ƒle le nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o. Elabena mienyae bena, emegbe hã, esime wòdi be, yeanyi yayra ƒe dome la, wotee; elabena mekpɔ tametɔtrɔ ƒe mɔnu o, wònye etsɔ aɖatsiwo dii vevie hafi.

Hebritɔwo 13:9

Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.

Yakobo 1:3-5

esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo. Ke dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo, bena mianye ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke nagahiã mi o. Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.

Yakobo 1:22-24

Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o! Elabena ne amea ɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsua ɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmeme le ahũhɔ̃e me. Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be.

Yakobo 3:1-2

Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti. Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.

Yakobo 3:5-6

Nenema ke aɖe hã nye ŋutinu suea ɖe ko, eye wokana ɖe nu gãwo ŋu. Kpɔ alesi dzo via ɖe tɔa dzo ave gã la ɖa! Eye aɖe la, dzo wònye; madzɔmadzɔnyenye ƒe xexemee nye aɖe le mía ŋutinuwo dome, eyae ƒoa ɖi ŋutilã blibo la katã, eye wòtɔa dzo agbenɔnɔ ƒe tododo blibo la katã, eye dzomavɔʋe tɔ dzo aɖe la ŋutɔ hã.

Petro I 2:7-8

Azɔ mi amesiwo xɔe se la, enye kpe xɔasi na mi; ke dzimaxɔsetɔwo la, kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke zu dzogoedzikpe kple nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa na wo, amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.

Petro I 3:10

Elabena amesi le didim be, yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple eƒe nuyiwo dzi, bene woagagblɔ alakpanya o;

Petro I 3:15-16

ke boŋ mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nyaa ɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ, esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.

Petro I 5:8-9

Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene; minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.

Petro II 1:20-21

eye minya esia gbã bena, ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖiwo katã metso ame ŋutɔ ƒe gɔmefiafia gbɔ o; elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.

Petro II 2:1-3

Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi. Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo, eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.

Petro II 2:20-21

Elabena ne wosi le xexeame ƒe makɔmakɔnyenye nu to sidzedze Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo me, eye wona wogalé wo le nu mawo ke me, eye wogaɖu wo dzi la, ekema woƒe anyinɔnɔ mamletɔ zu vɔ̃ na wo wu tsãtɔ. Elabena ɖe womedze si dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o la, ne enyo na wo wu esi wodze sii, eye gake wogagbugbɔ tso sedede kɔkɔe, si wode asi na wo la gbɔ.

Petro II 3:16

abe alesi wòƒo nu le nusiawo ŋuti le eƒe agbalẽwo katã me la ene, esiwo me nyaa ɖewo ƒe gɔmesese nye ɖo la le, nya, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo trɔna, abe alesi wowɔa ŋɔŋlɔ bubuawo hã hena woa ŋutɔwo ƒe gbegblẽ la ene.

Petro II 3:17-18

Azɔ la, mi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nusiawo ɖi ŋuti la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene ame gblẽkuwo ƒe beble nagahe mi ayii o, eye mìagadze anyi atso mia ŋutɔwo miaƒe kelili la me o. Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.

Yohanes I 1:5-6

Eye gbedasi, si miese tso egbɔ, eye míeɖea gbe ƒã na mi la, enye esi bena, Mawu enye kekeli, eye vivitía ɖeke mele eme o. Ne míegblɔ bena, míedo ƒome kpakplim eye gake miegale viviti me zɔm la, ekema aʋatso kam míele, eye menye nyateƒe dzi wɔm míele o;

Yohanes I 2:3-6

Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae. Amesi ke gblɔ bena, yenyae, eye gake melé eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o. Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me. Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.

Yohanes I 2:26-27

Nya siawo meŋlɔ ɖo ɖe mi le amesiwo le mia blem la ŋuti. Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.

Yohanes I 4:1-3

Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame. Esia me míedze si Mawu ƒe Gbɔgbɔ le: Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si ʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me la, etso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ miese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo.

Yohanes I 4:5-6

Woawo la xexeame wotso, eyata woƒoa xexeame ƒe nu, eye xexeame ɖoa to wo. Míawo la Mawu me mietso, eye amesi dze si Mawu la, ɖoa to mi; amesi metso Mawu me o la, meɖoa to mi o. Esia me míedze si nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ le.

Yohanes II 1:6

Eye esiae nye lɔlɔ̃ la bene, míazɔ ɖe eƒe seawo nu. Esia nye se la bena, miazɔ eme, abe alesi miese tso gɔmedzedzea me ene.

Yohanes II 1:7-8

Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la. Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.

Yohanes II 1:9-11

Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.

Yohanes III 1:9-10

Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hame la; gake Diotrefo, si le didim be, yeaɖo ta ɖe wo nu la, mexɔ mi o. Eyata ne meva la, maɖo ŋku eƒe dɔwɔwɔ, siwo wòwɔna kple nya vɔ̃, siwo wònɔa gbɔgblɔm ɖe mía ŋuti la dzi; eye nusiawo mesu me nɛ o: Eya ŋutɔ hã mexɔa nɔviawo o, eye wòxea ma na amesiwo lã be, yewoaxɔ wo, eye wòɖea wo le ha me.

Yuda 1:3-4

Lɔlɔ̃tɔwo, esi medo vevie ŋutɔ, bena maŋlɔ nya le mi katã miaƒe xɔxɔ la ŋuti aɖo ɖe mi la, ezu dzizizi nam be, maŋlɔe atsɔ axlɔ̃ nu mi, bene miaʋli xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta. Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.

Nyaɖeɖefia 2:2

Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèɖo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye,

Nyaɖeɖefia 2:9

Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.

Nyaɖeɖefia 2:14-16

Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi. Nenema ke amesiwo lé nikolaitɔwo ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò. Azɔ trɔ le wò dzi me: ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò.

Nyaɖeɖefia 2:20

Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.

Nyaɖeɖefia 3:15-17

Menya wò dɔwɔwɔwo bena, mefa hã o, mèdze dzo hã o. Ɖe medi be, ɖewo nafa alo nadze dzo. Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me. Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.

Nyaɖeɖefia 3:19

Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?

Nyaɖeɖefia 12:9-11

Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti. Eye mese gbe gãa ɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mia nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe. Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.

Nyaɖeɖefia 18:4

Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o,

Nyaɖeɖefia 18:23

eye akaɖi ƒe keklẽ megale keklẽ ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o: elabena wò asitsalawo nye anyigba dzi megãwo; elabena woble dukɔwo katã to wò afakaka me.

Nyaɖeɖefia 19:20

Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe.

Nyaɖeɖefia 20:2-3

Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi via ɖe.

Nyaɖeɖefia 20:10

Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Nyaɖeɖefia 21:8

Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.

Nyaɖeɖefia 21:27

Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.

Nyaɖeɖefia 22:15

Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.

Nyaɖeɖefia 22:18-19

Mele ɖase ɖim na amesiame, si le agbalẽ sia me nyagblɔɖilawo sem la bena, ne amea ɖe tso nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la akpe ɖe eŋuti nɛ, eye ne amea ɖe aɖe nane le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net