23 – Lɔlɔ̃

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Lɔlɔ̃.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Luka 6:27-29

Ke mi, amesiwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi bena; Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, miwo nyuie na amesiwo lé fu mi; miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta. Amesi ƒo tome ɖeka na wò la, nyẽ ekeme hã nɛ, eye amesi tso wò awu la, megagbe wò avɔ hã tsɔtsɔ nɛ o.

Yohanes I 4:7-11

Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu. Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃. Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me. Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo mielɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta. Lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, mialɔ̃ mia nɔewo.

Hiob 6:14

Ne dzi ɖe le amea ɖe ƒo la, ele be, xɔlɔ̃wo nafa tu nɛ, nenye be, edzudzɔ ŋusẽkatãtɔ la vɔvɔ hã.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 326 kpukpuiwo

Mose I 2:24

Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.

Mose I 29:20

Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Raxel ta, eye wòle nɛ abe ŋkekea ɖewo ko ene, le alesi gbegbe wòlɔ̃ne la ta.

Mose II 20:12

Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.

Mose II 20:17

Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi to la ƒe ɖeke dzi o.

Mose II 23:4-5

Ne èkpɔ wò ketɔ ƒe nyi alo tedzi tre mɔ la, gakplɔe vɛ ne. Ne agba nɔ wò futɔ ƒe tedzi dzi nèkpɔ la, megato eŋu yi o; ke boŋ kpe ɖe eŋu, ne miatui le edzi.

Mose II 34:6

Eye Yehowa va to eŋuti yi heɖe gbe ƒã bena: Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ,

Mose III 19:17-18

Megalé nɔviwò ɖe do me o, ke boŋ gbe nya nɛ, ne magana nahe nuvɔ̃ ava ɖokuiwò dzi o. Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!

Mose III 19:34

Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Mose III 25:35-37

Ne nu vɔ le nɔviwò si, eye wòdo ko la, ekema kpe ɖe eŋu, eye naxɔe abe amedzro alo gbɔwò me ene, bena wòanɔ agbe le gbɔwò. Megabia deme le esi o, eye megaɖi kasae o, bena nɔviwò nanɔ agbe le gbɔwò. Megado ga ne ɖe deme dzi o, eye: ne etsɔ nuɖuɖu ne la, megabia xɔɖedzi o.

Mose IV 12:3

Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.

Mose V 6:5

Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la.

Mose V 7:9-10

Eyata nyae bena, Yehowa, wò Mawu la, Mawu vavã kple Mawu anukwaretɔ wònye, amesi wɔa eƒe nubabla kple nublanuikpɔkpɔ dzi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe se dzi la, vaseɖe dzidzime akpe dzi; eɖoa teƒe na eƒe fufuwo ŋutɔwo, eye wòtsrɔ̃a wo, eye mehena ɖe megbe le eƒe futɔwo tsɔtsrɔ̃ me o.

Mose V 10:18-19

amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae. Eyata milɔ̃ amedzro, elabena miawo hã míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpo.

Mose V 11:1

Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.

Mose V 11:13

Ne mielé to ɖe se, siwo mede na mi egbe ŋu pɛpɛpɛ, eye mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye míesubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me la,

Mose V 13:3

ekema migaɖo to nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o, elabena ɖe Yehowa, mia Mawu la, Me mia dom kpɔ, ne yeadze sii be, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me hã?

Mose V 15:10-11

ke boŋ nae faa, eye megave wò, bena nènae o, elabena esia ta Yehowa, wò Mawu, yra wò le wò dɔwɔwɔwo katã kple nusiwo nèwɔ dɔ kpɔ la me. Elabena ame dahe magbe wò anyigba dzi nono o, eyata mede se na wò gblɔ bena: Ʋu wò asi na nɔviwò, si hiã tui, eye wòɖo ko le wò anyigba dzi la.

Mose V 16:17

Amesiame nana nusi su esi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yrae ene.

Mose V 30:6

Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.

Mose V 30:20

eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.

Yosua 22:5

Ɖeko mikpɔ nyuie, be miawɔ ɖoɖo kple se, siwo Yehowa ƒe dɔla Mose gblɔ na mi la dzi; milɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye mizɔ eƒe mowo katã dzi, midzra eƒe seawo ɖo, miku ɖe eŋu, eye misubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me!

Samuel I 2:3

Miganɔ adegbe ƒom atraɖii o, eye nya vlo meganɔ dodom le mia nu o! Elabena nunyawo ƒe Mawu enye Yehowa, amesi ɖaa nuwɔwɔwo kpɔ na.

Samuel I 18:1-4

Esi wòƒo nu kple Saul vɔ la, Dawid ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye Yonatan lɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene. Eye Saul xɔe gbemagbe, eye meɖe mɔ nɛ be, wòagbugbɔ ayi fofoa ƒe me o. Eye Yonatan kple Dawid wòbia nu, elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene. Eye Yonatan ɖe awu ʋlaya, si le eŋu la, tsɔ na Dawid hekpe ɖe eƒe aʋawu kple yi, dati kple alidziblanu ŋu.

Samuel I 20:41-42

Esi ŋutsuvia dzo la, tete Dawid tsi tre tso dziehe gome, eye wòde ta agu hebɔbɔ zi etɔ̃, eye woɖuɖɔ nu na wo nɔewo heta avi kple wo nɔewo, vaseɖe esime Dawid ƒe gbe sẽ wu. Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yi le ŋutifafa me; nusi dzi mía ame eve míeka atam ɖo le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi bena, Yehowa nanɔ mía kple wò, nye dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo dome la, nanɔ anyi tegbee! Eye wòdze mɔ heyi, eye Yonatan va dua me.

Hiob 6:14

Ne dzi ɖe le amea ɖe ƒo la, ele be, xɔlɔ̃wo nafa tu nɛ, nenye be, edzudzɔ ŋusẽkatãtɔ la vɔvɔ hã.

Psalmowo 25:6-7

Yehowa, ɖo ŋu wò nublanuikpɔkpɔ kple wò amenuveve, elabena woli tso tititi ke! Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!

Psalmowo 25:9

Enaa hiãtɔwo zɔa dzɔdzɔenyenye me, eye wòfiaa eƒe mɔ hiãtɔwo.

Psalmowo 25:10

Yehowa ƒe toƒewo katã nye amenuveve kple nyateƒe na amesiame léa eƒe nubabla kple seawo me de asi.

Psalmowo 31:23

Milɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo katã; Yehowa kpɔa anukwaretɔwo ta, ke eɖoa teƒe na dadalawo wòsɔa gbɔ.

Psalmowo 36:5-7

Yehowa, wò amenuveve ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ ɖaseɖe alilikpowo ŋu. Wò dzɔdzɔenyenye le abe Mawu ƒe towo ene, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ enye tɔ goglo; èxɔna na amegbelɔwo kple lãwo, wò Yehowa. Mawu, wò amenuveve xɔ asi loo! Amegbetɔviwo be ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te.

Psalmowo 40:11

Ke wò, Yehowa, mate wo nublanuikpɔkpɔ da le gbɔnye o; wò amenuveve kple wò nyateƒe akpɔ tanye ɖaa.

Psalmowo 41:1-3

Dawid ƒe ha na henɔ la. Woayra amesi léa fɔ ɖe hiãtɔ ŋu! Yehowa aɖee le dzɔgbevɔ̃eɣi. Yehowa akpɔ eta, eye wòaxɔe ɖe agbe, ne woanyo nɛ le anyigba dzi; matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe adãwɔwɔ o! Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aha dzi nɔnɔ bubui.

Psalmowo 51:1

Dawid ƒe ha na henɔ la, esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ. Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanui-kpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa!

Psalmowo 69:16

Ɖo tom, Yehowa, elabena wò amenuveve la nyo; le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu trɔ ɖe ŋunye!

Psalmowo 86:5

Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.

Psalmowo 86:15

Ke wò, Aƒetɔ la, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela nènye, ègbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe asiwò.

Psalmowo 101:5

Amesi lia ehavi ŋu le adza me la, matsrɔ̃e ɖa; amesi dadaŋku le ta nɛ, eye eƒe dzi vu gbloto la, mia kplii ƒe ŋɔlime meƒo go o.

Psalmowo 103:8-12

Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Menɔa dzre dzi ɖaa o, eye meléa dziku ɖe dɔme tegbee o. Mewɔna na mi de míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o. Elabena alesi dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe la, nenema eƒe amenuveve nu se de amesiwo vɔ̃nɛ la dzii. Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetodoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo da boo tso mía gbɔe.

Psalmowo 103:17

Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,

Psalmowo 107:1

Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!

Psalmowo 107:8-9

Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta! Elabena ena luʋɔ tsikɔwuwo ɖi kɔ, eye wòtsɔ nu nyui di ƒo na luʋɔ dɔwuiwo.

Psalmowo 117:2

elabena amenuveve sɔ gbɔ ɖe mía dzi, eye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. Mikafu Yehowa!

Psalmowo 133:1

Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!

Psalmowo 136:26

Mida akpe na dziƒo Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee!

Psalmowo 145:8-9

Amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, medoa dziku kabakaba o, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ. Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.

Psalmowo 147:6

Yehowa léa hiãtɔwo ɖe asi, ke ebɔbɔa ame vɔ̃ɖiwo vaseɖe anyigba ke.

Lododowo 3:3

Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;

Lododowo 5:15-20

No tsi tso wò tsido me, tsidzidzi tso wu vudo me! Ɖe wò tsi adzi agba go, eye wò tɔʋuwo asi ɖa gbagbagbea? Wò ɖeka dɔwò ke woanye, eye ame bubu mekpe ɖe ŋuwò o! Wò vudo anye yayra, eye àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ ŋu, eya, si nye zinɔ dzeameŋu kple sãde nyo la, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ nena nanɔ ya mum ɖaa. Ke vinye, nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nana ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu?

Lododowo 6:16-19

Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ: dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa nu maɖifɔ ɖi, dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu, amesi ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa, kpakple amesi dea dzre nɔviwo dome.

Lododowo 8:13

Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.

Lododowo 8:17

Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.

Lododowo 10:12

Fuléle dea dzre aƒe, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.

Lododowo 11:2

Afisi dàda le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le?

Lododowo 11:17

Dɔmenyotɔ woa nyuie na eya ŋutɔ ɖokui; ke ŋutasẽla wɔa nu vevee eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.

Lododowo 11:24-25

Amea ɖewo na nu geɖe, ke wokpɔa ho ɖe edzi; amea ɖewo vea nu le nusi dze be, woawɔ la gbɔ, ke ahe ko wodana. Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.

Lododowo 13:24

Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.

Lododowo 14:21

Amesi doa vlo ehavi la, ewɔ nuvɔ̃; ke amesi vea hiãtɔ nu la, woayrae!

Lododowo 14:31

Amesi te ame tsa ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, ɖea bubu eŋu.

Lododowo 15:1

Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.

Lododowo 15:25

Yehowa gbãa dadalawo ƒe aƒe da, ke edoa liƒo na ahosiwo.

Lododowo 16:5-6

Dadalawo katã nye ŋunyɔ na Yehowa. Mine mítso gbe; ne woahagbe tohehe na wo fi! Lɔlɔ̃ kple nyateƒe wotsɔna léa avu vodada, eye Yehowa-vɔvɔ̃ wotsɔna tsria vɔ̃e.

Lododowo 16:18-19

Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze. Ɖokuibɔbɔɖeanyi la hiãtɔwo dome nyo wu ne woamã aboyonu kple dadalawo.

Lododowo 16:24

Nya dzeto la anyitsi wonye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.

Lododowo 17:9

Amesi ɖia dziɖaɖa ɖe to me la, ele lɔlɔ̃ dim, ke amesi hea nya xoxo ɖe go la, klãa xɔlɔ̃wo dome.

Lododowo 17:17

Xɔlɔ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.

Lododowo 18:21

Ku kple agbe le aɖe si me, amesi dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.

Lododowo 18:24

Xɔlɔ̃ geɖe dzedze aʋlie; ke xɔlɔ̃a ɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.

Lododowo 19:17

Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.

Lododowo 19:22

Dɔmenyo enye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃, ahedada nyo wu alakpadada.

Lododowo 21:3-4

Nusi dzɔ, eye wòle eteƒe la, wɔwɔ nyo Yehowa ŋu wu vɔsa. Ame vɔɖiwo ƒe akaɖi enye nuvɔ̃, dadaŋkuwo kple dzi, si vu gblotoo.

Lododowo 21:13

Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.

Lododowo 21:21

Amesi ti dzɔdzɔenywnye kple lɔlɔ̃ yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.

Lododowo 21:23-24

Amesi dzraa eƒe nu kple aɖe ɖo la, dzraa eƒe agbe ɖo tso hiã me. Dadala kple adegbeƒola, si wɔa nu tovo vivivo la, woyɔna be fewuɖula.

Lododowo 22:9

Woayra dɔmenyolɔ, elabena eɖe eƒe abolo hena ame dahe.

Lododowo 22:10-11

Ne ènyã vlodola ɖa la, ekema dzrewɔwɔ hã dzo, eye nyawɔwɔ kple dzu nu yi. Amesi laa dzi dzadza, eye eƒe nuyiwo nyo la, eya xɔlɔ̃e nye fia.

Lododowo 25:21-22

Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na aboloe wòaɖu, eye ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano; elabena dzoka ƒom nèle ƒu ɖe eƒe ta me, eye Yehowa aɖo eteƒe na wò.

Lododowo 28:27

Amesi naa nu ame dahe la, hiã matui akpɔ o, ke amesi trɔa mo ɖe aga la, woaɖo ɖiŋu geɖe nɛ.

Lododowo 29:22

Dɔmedzoetɔ dea dzre aƒe, eye dzikutɔ ɖaa vo geɖe.

Lododowo 29:23

Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.

Lododowo 30:18-19

Nu etɔ̃e nye nuku nam, eye enelia la nyemenya ta le enu o: Hɔ̃ toƒe le dziƒo, ɖa toƒe le agakpe dzi, ʋu loƒe le atsiaƒu titina kpakple ŋutsu toƒe le nyɔnuvi ŋu.

Lododowo 31:8-9

Ke wò nu de aɖetututɔwo nu kple ɖe dzɔgbevɔ̃etɔwo katã ƒe nye nu! Ke wò nu natso efia ɖe eteƒe, eye nadrɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔwo kple ame dahewo!

Nyagblɔla 7:9

Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.

Hawo ƒe ha 1:1-4

Salomo hawo ƒe ha. Etsɔ wo nu gbugbɔ nu nam, elabena wo lɔlɔ̃ nyo wu wein. Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo. Kplɔm yii, na míaɖe abla! Fia la kplɔm yi eƒe xɔ me. Míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wein; amewo lɔ̃a wò ɖe eteƒe.

Hawo ƒe ha 1:9-16

Xɔ̃nye, èle abe nye sɔnɔ le Farao ƒe tasiaɖam ŋu ene. Dzonu le tonu na wò nyuie, eye adzagba le kɔ na wò. Míatu sikakɔsɔkɔsɔ kple klosalokpeviwo na wò. Esime fia la bɔbɔ nɔ eƒe ablegɔ me la, nye gbe ʋeʋẽewo ɖe ya. Nye lɔlɔ̃tɔ le ahe miregoe le akɔnu nam ene. Nye lɔlɔ̃tɔ nye koferseƒoƒo nam le Engedi-weingblewo me. Edze tugbe, xɔ̃nye, èdze tugbe loo! Wò ŋkuwo le abe ahɔne ƒe ŋkuwo ene. Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze ɖeka, eye nènyo; mía dɔƒe ɖe ama.

Hawo ƒe ha 2:1-9

Nyee nye seƒoƒo le Saron kple dzogbenya le baliwo me. Alesi dzogbenya noa aŋɔka mea le nenema xɔ̃nye le nyɔnuviwo domee. Alesi atɔlɔŋutiti le avemetiwo domee la, nenema nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo domee. Melɔ̃a eƒe vɔvɔli te nɔnɔ, eye eƒe kutsetsewo vivina le nye nu me. Ekplɔm yi weinxɔ me, eye lɔlɔ̃ enye eƒe aflaga le dzinye. Mi tso weintsetsebolo de agbe ŋunye, eye mitsɔ atɔtɔŋuti fa dzi nam, ale bena lɔlɔ̃ de dɔ la me nam. Etsɔ eƒe mía de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe nuɖusi kple kɔ nam. Yerusalem-nyɔnuviwo, meta sãde alo zinɔ le gbe me ne mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi! Nye lɔlɔ̃tɔ ŋkɔ le ɖiɖim! Kpɔ ɖa, eya nye ekem gbɔna; ele kpo dzom flɔ towo, eye wòle kpo tim flɔ togbɛwo. Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene, ele tsitre ɖe míaƒe gli te xoxo. Ele nu kpɔm to fesre nu, eye wòɖo ŋku ɖe adzrala nu.

Hawo ƒe ha 2:10-17

Nye lɔlɔ̃tɔ xɔ edzi gblɔ nam bena: Xɔ̃nye, tso; nye tugbedzɛ, va! Elabena vuvɔŋɔli yi aƒe, tsidzadza ke, eye enu yi. Seƒoƒowo ɖo ɖe anyigba dzi, weinkawo ŋu ɖeɣi ɖo, eye wole akpakpa ƒe xɔxlɔ sem le míaƒe anyigba dzi. Gboti ƒe tsetsewo ɖe asi ɖiɖi me, eye weinka ƒe seƒoƒowo le ya ɖem nyuie. Tso, xɔnye, nye tugbedzɛ, va! Nye ahɔne le kpetowo me, le agawo ƒe globoeaƒe; na makpɔ ŋkuwò me, na mase wò gbe! Elabena wò gbe vivina, eye ŋkuwò me nyo. Milé abeiwo na mi, abeiviwo, siwo gblẽa weingblewo; elabena míaƒe weingblewo ƒo se. Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ, eya amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me. Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ, hafi anyinu nafa, eye vɔvɔli nu nayi, eye nanɔ abe sãde alo zivi le atike ʋeʋẽe towo dzi ene!

Hawo ƒe ha 3:5-6

Yerusalem-nyɔnuviwo, meta sàde alo zinɔ le gbe me na mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, mígaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi! Amekae nye ekem tso gbe me gbɔna abe dzudzɔ babla ene, eye atike ʋeʋẽe, dzudzɔ ʋeʋée donu kple nudzralawo ƒe atike vovovowo le ya ɖem le eŋu?

Hawo ƒe ha 4:1-7

Èdze tugbe, xɔ̃nye, èdze tugbe ŋutɔ. Wò ŋkuwo nye ahɔne ƒe ŋkuwo le moxevɔ la me. Wò ɖa le abe gbɔ̃hawoe tsyɔ akɔ anyi de Gilead-to kɔgo ene. Wò aɖuwo le abe alẽha, si woke tu na tete, eye wodo tso tsileƒe la ene; wo katã wonye venɔwo, eye wo dometɔa ɖeke metsi ko o. Wò nuyiwo le abe ka dzẽ ene, eye wò nu dze ani; wò tonuƒuiwo le dzedzem le moxevɔ me abe yevuboɖa, si me wole ene. Wò ka le abe Dawid ƒe xɔ tsrala, si wotu bena gbetakpɔkpɔ ene Woku akpoxɔnu gagã akpe de eŋu, siwo katã nye kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo. Wò nowo le abe sãdevi eve, zi venɔvi, siwo le gbe ɖum le dzogbenyawo me ene. Mayi atike ʋeʋẽe towo kple dzudzɔ ʋeʋẽe donu togbɛwo dzi, hafi anyinu nafa, eye vɔvɔli nu nayi. Xɔ̃nye, nusianu nyo le ŋuwò, dzuƒea ɖeke mele ŋuwò o.

Hawo ƒe ha 4:9-16

Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, ègblẽ tame nam, ètsɔ wò nukpɔkpɔ kple kɔsɔkɔsɔ, si le wò kɔdzonuwo me, gblẽ tame nam. Nɔyinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ nyo wu wein, eye wo ami ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋẽewo la. Ŋugbetɔ, anyitsi le tsyɔtsyɔm le nuyi ŋu na wò; anyitsi kple notsi le wò aɖe te; wò avɔwo me ƒe ʋeʋẽ le abe Libanon ƒe ʋeʋẽ ene. Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ enye abɔ, si ƒe ʋɔ wodo, vudo, si nu wotu nu do, kple tsidzɔƒe, si nu wotre. Wò numiemiewo nye yevuboɖabɔ, si me kutsetse nyuiwo, koferseƒoƒo kple gbe ʋeʋẽewo, gbe ʋeʋẽewo kple agumetaku, gbekee, botsyo kple dzudzɔ ʋeʋẽe dogbewo katã, mire kple aloe kpakple atike veviwo katã te. Abɔ me tsidzidzi, tsi gbagbe vudo kple tɔʋu, si si tso Libanon dzi la nènye. Anyieheya, tso, eye dzieheya, va, naƒo ato nye abɔ me, ne eƒe ʋeʋẽ nagbagba di. Nye lɔlɔ̃tɔ va eƒe abɔ me, eye wòɖu eƒe kutsetse nyuiawo.

Hawo ƒe ha 5:1-4

Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu! Mele alɔ̃ dɔm, ke nye dzi le ŋute. Mido to, nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! Nɔvinyenyɔnu, xɔnye, nye ahɔne, nye ame dzadzɛ, ʋu ʋɔ nam! Elabena zãmu ƒo tame nam ƒũ, eye nye ɖa me yɔ fu kple dzadza. Meɖe nye avɔwo ɖi, ɖe magatsɔ wo ataa? Meklɔ nye afɔwo, ɖe magaƒo ɖi woa? Nye lɔlɔ̃tɔ do asi ɖe fesre nu, tete nye lãme gbagba yi ɖe eŋu.

Hawo ƒe ha 5:8-9

Yerusalem-nyɔnuviwo, mele mi: Ne miekpɔ nye lɔlɔ̃tɔ la, mito nɛ be, lɔlɔ̃ de dɔ lã me nam! Nyɔnuwo ƒe tughedzɛ, nuka wo lɔlɔ̃tɔ tso ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae? Nuka wo lɔlɔ̃tɔ tsa ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae, hafi nèta nu na mí alea?

Hawo ƒe ha 5:10-16

Nye lɔlɔ̃tɔ fu, eye wòbiã, eye wòƒo ame akpe nanewo la; eƒe ta enye sika nyuitɔ, eƒe ɖa le abe ɖeʋala, siwo dza ɖe anyi me ene, eye wònyɔ abe akpaviã ene; eƒe ŋkuwo le abe ahɔne le tɔʋu to ene, wole notsi, eye wosɔ ɖe ŋku to me; eƒe alɔgo enye atike ʋeʋẽe kpo, si dzi atike ʋeʋẽe mie ɖo; eƒe nuyiwo nye dzogbenya, siwo le mire tsrolo tsyɔm; eƒe alɔwo nye sikati mlimɔwo, siwo ŋu woɖo Tarsis-kpewoe; eƒe ƒoɖo enye aɖaŋudɔ, si wotsɔ nyiɖu wɔe, eye wotsɔ safir ɖo atsyɔ̃ ɖe eŋu; eƒe atawo nye kpe ɣi sɔti, siwo woɖo sikafɔ dzi; eƒe dzedzeme le abe Libanon ene, eye wonye nu vevi abe sederti ene; vivi le eƒe nu me, eye eyama ɖze ani. Yerusalem-nyɔnuviwo, nye lɔlɔ̃tɔ lae nye esia: amesiae nye xɔ̃nye la!

Hawo ƒe ha 6:3

Nye lɔlɔ̃tɔ la enye tɔnye, eye nye hã menye etɔ, eya, amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me.

Hawo ƒe ha 6:5

Ɖe ŋku ɖa le ŋunye, elabena wole ŋɔ dzim nam! Wo ɖa le abe gbɔ̃hawoe tsyɔ akɔ anyi de Gilead kɔgo ene.

Hawo ƒe ha 7:1-9

Wo bubume vinyɔnu, aleke wò azɔlime nyo le atokota me ale? Wò kpenyenyẽ le ahe kɔdzonu, si nye aɖaŋua ƒe asinudɔwɔwɔ ene; wò akɔnu enye ze tegblẽ, si me aha tɔtɔ mevɔna le o, wò ƒoɖo enye bli, si woli kɔe, eye dzogbenya ɖe to ɖee; wò nowo le abe sãdevi eve, zi venɔvi ene; wò kɔ enye nyiɖuxɔ tsrala; wò ŋkuwo le abe ta, si le Xesbon le Batrabim-gbo nu ene; wò ŋɔti le ahe Libanon ƒe xɔ tsrala, si ɖo ta Damasko ene. Wò ta, si le nuwò, ɖi Karmel; wò taɖa le abe aɖabɛ ene; wò ɖa ɖe ga fia. Edze tugbe, eye nenyo loo, wò lɔlɔ̃, si nye vivisesego! Ele tsralɛ abe deti ene, eye wò nowo nye detawe. Mebe, made deti la dzi, eye malé eƒe alɔwo. Wò nowo nenye weinkpo le weinka ŋu, eye wò ŋɔli ƒe ʋeʋẽ neɖi atɔtɔŋuti tɔ! Wò nu me nenye wen nyuitɔ, si ato nuyi kple aɖu dzi na nye lɔlɔ̃tɔ wɔli.

Hawo ƒe ha 7:10-13

Nye lɔlɔ̃tɔ tɔ menye, eye yonyeme mɔ dim wòle. Nye lɔlɔ̃tɔ, va míado ayi gbe me, eye míanɔ koferseƒoƒowo me. Míafɔ ŋdi kanya ayi weingblewo me, ne míakpɔ be, weinkaawo dze, seƒoƒoawo ke, eye yevuboɖatiawo ƒo se hã? Afima matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò le. Agbitsawo ƒe ʋeʋẽ gbagba ɖi, eye kutsetse nyui vovovowo le míaƒe ʋɔtru nu; nye lɔlɔ̃tɔ, medzra yeyeawo kple xoxoawo ɖo na wo.

Hawo ƒe ha 8:3

Etsɔ eƒe mía de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe nuɖusi kple kɔ nam.

Hawo ƒe ha 8:4-5

Yerusalem-nyɔnuviwo, meta mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi! Ameka nye ekem tso gbe me gbɔna heziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu? Atɔtɔŋutiti le menyɔ wò le; afima dawò se veve dzi wò ɖo, afima nɔwò lé ku dzi wò ɖo.

Hawo ƒe ha 8:6-7

Tsɔm wɔ ŋkɔslgɛ ɖe wò dzi ŋu kple ŋkɔsigɛ de wò asi! Elabena lɔlɔ̃ tri akɔ wu ku, eye ŋuʋaʋã se wu tsleƒe, eƒe bibi le abe dzo ƒe bibi ene, Yehowa ƒe dzoƒade wònye! Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o, eye tɔsisi gãwo mate ŋu akplɔe adzoe o. Ne amea ɖe be, yeatsɔ eƒe aƒe me kesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, ɖeko woade alɔme te eŋu.

Yesaya 2:11-12

Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi. Elabena ŋkeke li na Yehowa Zebaot ɖe dadalawo katã kple ame kɔkɔwo, ɖe nusiwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ ɖe anyi;

Yesaya 32:8

Ke tamesusu vavãwo li na bubumewo, eye nu vavãwo dzi wolina ɖo.

Yesaya 50:6

Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.

Yesaya 53:3-7

Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o. Ke eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòɖe ta miaƒe vevesesewo te; evɔ wònye míawo míebui abe amesi wohe to na, amesi Mawu ƒo, eye wòwɔ funyafunyae ene hafi. Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí. Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi. Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o.

Yesaya 58:7

naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.

Yesaya 58:10

ne ètsɔ wò abolo na dɔwuitɔ, eye nèɖi ƒo na amesi wole ɖe anyi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò tsizi anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene,

Yesaya 63:7

Makafu Yehowa ƒe amenuveve kple Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ le nusiwo katã Yehowa wɔ na mí la nu kpakple eƒe dɔmenyo gbogbo, siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖe la nu.

Yeremya 31:3

Yehowa ɖe eɖokui fiãm le didiƒe. Metsɔ lɔlɔ̃ mava lɔ̃ wò, eyata meɖo amenuveve ɖi na wò didie alea.

Konyifahawo 3:22-23

Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o; ke boŋ ete yeye ŋɖi sia ŋɖi, eye wò amenuveve tri akɔ!

Daniel 9:4

Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi!

Hosea 2:19-20

Ànye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nenye nye ŋugbetɔ: ànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me, ne nadze si Yehowa.

Mixa 6:8

Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.

Zefanya 2:3

Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokul ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, amea ɖe menye nu o woatsɔ mi aɣia le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!

Zefanya 3:17

Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzldzɔ atso aseye ɖe ŋuwò!

ZAXARYA 7:9-10

Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ! Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo, amedzrowo kple ame dahewo ɖe anyi o, eye migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe ta me ɖe mia nɔewo ŋu o!

Mateo 5:3-12

Woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na. Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome. Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo. Woayra amesiwo le nublanui kpam na amewo la: elabena woawoe woakpɔ nublanui na. Woayra amesiwo dza le woƒe dzi me la: elabena woawoe akpɔ Mawu. Woayra amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo. Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.

Mateo 5:22-24

Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi. Eyaŋuti ne etsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nyaa ɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome do gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.

Mateo 5:38-42

Míese wogblɔ bena: Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ; eye amesi le didim be, yeadrɔ̃ ʋɔnu kpli wò, bene yeaxɔ wò awu le asiwò la, na ne wòaxɔ avɔ hã le asiwò; eye amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii. Na nu amesi le nu biawòm, eye amesi le didim be, yeaɣe nu le asiwò la, megatrɔ dzo le egbe o.

Mateo 5:43-48

Míese wogblɔ bena: Lɔ̃ hawòvi, eye nalé lu wò ketɔ: ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta, bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo. Elabena ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe? Eye ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele? Alo menye xexemeviwo hã wɔa nenema ke o ɖe? Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.

Mateo 6:1-4

Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyenu le amewo ƒe ŋku me, be woakpɔ o; ne menye nenem o la, fetua ɖeke meli na mi le mia Fofo, si le dziƒowo la, gbɔ o. Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo. Ke wò la, ne èle nu nam ame la, megana wò miasi nanya nusi wò nuɖusi wɔna o, bena wò nunana nanɔ ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔmle ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.

Mateo 6:14-15

Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã. Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.

Mateo 6:24

Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.

Mateo 7:1-5

Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã. Ke nuka wo nèkpɔa ati fefee, si ɖo nɔviwò ƒe ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋuta wò ŋku dzi la, medzea si eya o mahã? Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ali fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã? Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.

Mateo 7:12

Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.

Mateo 11:28-30

Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena ye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.

Mateo 18:3-4

Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o. Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.

Mateo 18:12-14

Nuka miesusuna? Ne amea ɖe kpɔ alẽ alafa, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe magblẽ blasieke vɔ asieke la ɖe toawo dzi, eye wòayi aɖadi esi bu la o mahã? Eye ne eva me bena, eyi ɖakpɔe la, vavã mele egblɔm na mí bena, akpa dzidzɔ le eya ŋuti awu le blasieke vɔ asieke, siwo metra mɔ o la ŋu. Nenema ke menye mia Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena, nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.

Mateo 18:15

Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò.

Mateo 18:21-22

Tete Petro va egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã? Halase zi adre loo? Yesu gblɔ nɛ bena: Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi adre teƒe blaadre.

Mateo 19:19

Bu fofowò kple dawò, eye nalɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.

Mateo 19:21

Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.

Mateo 20:16

Nenem eye mlɔetɔwo lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo; elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ, eye ame ʋeewo nye amesiwo wotia.

Mateo 20:26-28

Neganɔ nenema le mia dome o; ke amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla; abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.

Mateo 22:37-39

Eye wògblɔ nɛ bena: „Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.“ Esia enye se gbãtɔ, si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“

Mateo 23:11-12

Ke amesi nye gãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe subɔla. Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.

Mateo 25:34-40

Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome! Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ. Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye. Tete ame dzɔdzɔeawo axɔ edzi ne agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbee míekpɔ bena, da le wuwòm, eye míenyi wò, alo tsikɔ le wuwòm, eye miena tsi wò mahã? Gbekagbe míekpɔ wò nènye amedzro, eye míexɔ wò nèdze mía gbɔ, alo amama, eye míedo awu na wò mahã? Alo gbekagbe míekpɔ bena, wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa mahã? Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.

Mateo 25:41-45

Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me! Elabena da wum, eye miena nuɖuɖum o; tsikɔ wum, eya miena tsim o; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o. Tete woawo hã woaxɔ edzi nɛ agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbe míekpɔ wò bena, da le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o mahã? Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o.

Mateo 26:7

nyɔnua ɖe va egbɔ kple alabastrogui, eye ami, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, le eme, eye wòtsɔe kɔ ɖe ta me nɛ, esi wòle kplɔ ŋuti.

Mateo 26:39

Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.

Marko 9:35

Eye esi wòbɔbɔ na anyi la, eya ame wuieveawo, eye wògblɔ na wo bena: Ne amea ɖe ɖi bena, yeanye gbãtɔ la, nanye wo katã ƒe mlɔetɔ kple wo katã ƒe subɔla.

Marko 10:43-45

Ke neganɔ nenema le mia dome o; ke boŋ amesi di bena, yeazu gã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye amewo katã ƒe dɔla. Elabena Amegbetɔvi la hã menye ɖe wòva bena, woasubɔ ye o; ke boŋ bena, yeasubɔ, eye bena, yeatsɔ yeƒe agbe la ana le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.

Marko 11:25-26

Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi. Ke ne mietsɔe ke o la, ekema mia Fofo, si le dziƒowo la, matsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi o.

Marko 12:30-33

Eye nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo, esia nye se gbãtɔ. Evelia nye esia bena: Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Se bubua ɖeke meli, si lolo wu esiawo o. Eye agbalẽfiala la gblɔ nɛ bena: Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe nu bena: Ɖeka eli, eye bubua ɖeke meli o, negbe eya ko; eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kple luʋɔ blibo kple ŋusẽ blibo, eye be woalɔ̃ ame havi abe ame ŋutɔ ɖokui ene la, le wu numemewo kple vɔsasawo katã.

Marko 14:3

Eye esi wòle Betania le Simon, dzɔbutɔ la, ƒe me le nuɖuƒe la, nyɔnua ɖe va kple alabastrogoe, si me nardomi nyuitɔ, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la le, eye wogbã goe la hetrɔe kɔ ɖe eƒe ta me.

Luka 3:11

Eye wòɖo ŋu gblɔ na wo bena: Amesi awu eve le esi la, nena amesi ɖeke mele esi o, eye amesi nunyiame le esi la, newɔ nenema ke.

Luka 6:27-31

Ke mi, amesiwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi bena; Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, miwo nyuie na amesiwo lé fu mi; miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta. Amesi ƒo tome ɖeka na wò la, nyẽ ekeme hã nɛ, eye amesi tso wò awu la, megagbe wò avɔ hã tsɔtsɔ nɛ o. Na nu amesiame, si le biawòm, eye amesi tso wò nu la, megabia ta se o. Eye alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwo na wo nenema ke.

Luka 6:32-34

Eye ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, akpedada kae li na mi? Elabena nuvɔ̃wɔlawo hã lɔ̃a amesiwo lɔ̃a wo. Elabena ne miewɔ nu nyui na amesiwo woa nu nyui na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã woa nenema ke. Eye ne mieɖo nu na amesiwo miele mɔ kpɔm na be, woagaxee na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã ɖoa nu na nuvɔ̃wɔlawo, be woagakpɔ nenema nu ke.

Luka 6:35-38

Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo. Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene. Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu; mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.

Luka 7:37-38

Eye kpɔ ɖa, nyɔnu nuvɔ̃wɔla ɖe le dua me, eye esi wònye bena, ele kplɔ ŋuti le farisitɔ la ƒe me la, etsɔ alabastrogoe, si me ami le la vɛ, eye wòtsi tre ɖe emegbe le eƒe afɔ nu hele avi fam, eye wòde asi aɖatsifafa me ɖe eƒe afɔwo dzi, eye wòtutu wo kple taɖa, eye wòɖuɖɔ eƒe afɔwo ŋuti, eye wotsɔ ami la hesi na wo.

Luka 7:41-47

Fenyila eve wole fetɔ ɖeka si; ɖeka nyi denario alafa atɔ̃, ke bubu nyi blaatɔ̃. Esi naneke mele wo si be, woaxee o la, etsɔe ke wo ame eve la katã. Azɔ wo dometɔ kae alɔ̃e awu mahã? Simon ɖo ŋu gblɔ bena: Mebu xa bena: Amesi wotsɔ geɖe wu kee lae. Eye wògblɔ nɛ bena: Ebui nyuie. Eye esi wòtrɔ ɖe nyɔnua gbɔ la, egblɔ na Simon bena: Ele nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me, eye mèna tsim be, maklɔ nye afɔwo ŋuti o, ke eya la fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa hetutu wòe. Mèɖuɖɔ nu nam o; ke eya la tso esime wòva eme la, medzudzɔ nye afɔwo gbugbɔgbugbɔ o. Mesi ami ɖe ta nam o; ke eya la tsɔ ami hesi ɖe nye afɔwo ŋuti. Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wolɔ̃na.

Luka 10:27

Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.

Luka 10:30-37

Eye Yesu xɔ dzi gblɔ bena: Amea ɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖaɖze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi woɖe abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi woku afã kple afã. Ke eva ve me bena, mawununɔlaa ɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Nenema ke Lewitɔa ɖe hã, esi wòva ɖo teƒe la, eye wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Ke Samariatɔa ɖe le mɔ zɔm va ɖo afisi wòle, eye esi wòkpɔe la, eƒe dome trɔ ɖe eŋu; eye esi wòva egbɔ la, etsɔ ami kple wein hekɔ ɖe eƒe abiawo me, eye wòbia wo, eye esi wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe lã dzi la, ekplɔe yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi. Eye esi ŋu eke la, etso denario eve na aƒeatɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ edzi, eye nusi ke nagagblẽ ɖe edzi la, nye la le nye tɔtrɔgbɔ me la maɖo eteƒe na wò. Ame etɔ̃ siawo dome la kae nèsusu be, ezu havi na amesi dze adzodalawo si me mahã? Eye wògblɔ bena: Amesi kpɔ nublanui nɛ lae. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, eye nawɔ nenema ke.

Luka 14:8-11

Ne amea ɖe kpe wò va srɔ̃ɖeƒe la, meganɔ nɔƒe gbãtɔ o; ɖewohĩ wokpe ame ŋkuta wu wò vɛ: eye amesi kpe mia kple ame ma la, ava gblɔ na wò bena: Tsɔ nɔwòƒe na amesia, eye ekema ade asi nɔƒe mlɔetɔ tsɔtsɔ me kple ŋukpe. Ke boŋ, ne wokpe wò la, yi ɖanɔ nɔƒe mlɔetɔ bena, ne amesi kpe wò va la, agblɔ na wò bena: Xɔ̃, te yi kplɔ̃ ta; ekema anye bubu na wò le amesiwo katã le kplɔ̃a ŋuti la, ƒe ŋku me. Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.

Luka 14:12-14

Eye wògblɔ na amesi kpee hã bena: Ne èɖo ŋdɔ- alo fiẽkplɔ̃ la, megayɔ xɔ̃wòwo alo nɔviwòwo, alo wò ƒometɔwo, alo hawòvi kesinɔtɔwo o, bena woawo hã nagakpe wò, eye woaɖo eteƒe na wò o. Ke boŋ, ne èɖo kplɔ la, yɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, eye nazu yayrame, esi naneke mele wo si be, woaɖo eteƒe na wò o ŋuti; ke woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.

Luka 15:20-24

Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ. Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o. Ke fofoa gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be miado nɛ, eye miɖe asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo; eye milé nyivi dami la ve, miwui, eye mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ; elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.

Luka 16:13

Dɔlaa ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigbadzinuwo o.

Luka 17:4

Eye ne ewo nuvɔ̃ ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wògatrɔ zi adre va ɖe kuku na wò la, tsoe kee.

Luka 18:14

Mele egblɔm na mi bena: Amesia la wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.

Luka 19:8

Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.

Luka 21:3-4

Eye wògblɔ bena: Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã; elabena nenem me siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe; ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.

Luka 22:26-27

Ke miawo la miganɔ nenema o; hafi boŋ amesi nye gãtɔ le mia dome la, nazu abe suetɔ ene; eye amesi nye amegã la, nazu abe subɔla ene. Elabena amekae nye gã wu, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa? Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.

Luka 22:33

Eye wògblɔ ne bena: Aƒetɔ, mesu te be, mia kpli wò míayi gaxɔ me kple ku me.

Luka 23:34

Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.

Yohanes 3:16-17

Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.

Yohanes 3:30

Eyama latsi de edzi tsã; ke nye la mayi to.

Yohanes 10:17

Le esia ta Fofo la lɔ̃am ɖo; elabena nye la metsɔ nye agbe ɖo anyi, bena magaxɔe.

Yohanes 11:35-36

Yesu fa avi. Tete Yudatɔwo gblɔ bena: Mikpɔ alesi wòlɔ̃nɛ ɖa!

Yohanes 12:3

Tete Maria tsɔ nardomi nyuitɔ pounde ɖeka nu, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, hesi de Yesu ƒe afɔwo ŋuti, eye wòtutu eƒe afɔwo ŋuti kple eƒe taɖa: eye aƒea me yɔ fũ kple ami la ƒe ʋeʋẽ lilili la.

Yohanes 13:1

Eye hafi ŋutitotoŋkekenyuie la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.

Yohanes 13:5

Tete wòtrɔ tsi ɖe tsileze me, eye wòde asi eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo ŋuti kɔklɔ me, eye wòle wo tutum kple tsiletse, si wosa ɖe ali.

Yohanes 13:14-17

Azɔ la ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la, meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti. Elabena mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Subɔla mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ hã mewua amesi dɔe ɖa la o. Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi.

Yohanes 13:23

Eye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si Yesu lɔ̃na la, via ɖe ekɔme.

Yohanes 13:34-35

Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo míenye, ne lɔlɔ̃ le mia dome

Yohanes 14:15

Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.

Yohanes 14:21

Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.

Yohanes 14:23-24

Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Ne amea ɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye miava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ. Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o, eve nya, si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo, si dɔm ɖa la tɔe.

Yohanes 15:9-15

Sigbe alesi Fofo la lɔ̃am ene la, nenema ke nye hã melɔ̃a mi; minɔ nye lɔlɔ̃ la me! Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene. Esiawo megblɔ na mi, bena nye dzidzɔ la nanɔ mia me, eye miaƒe dzidzɔ la nayɔ tu. Esia nye nye se la bena, mialã mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale amea ɖeke si bena, woatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o. Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi. Nyemagayɔ mi be dɔlawo o, elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.

Yohanes 15:17

Esiawo ƒe se dem mele na mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo.

Yohanes 16:27

ke Fofoa ŋuta lɔ̃a mi, elabena miawo mielɔ̃m, eye miexɔe se bena, medo go tso Mawu gbɔ.

Yohanes 17:23

Nye ɖa mele woawo me, eye woawo hã wole menye, bena woazu blibo le nu ɖeka me, bena xexeame nadze sii bena, wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ wo, abe alesi nèlɔ̃m ene.

Yohanes 17:26

eye mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã mana woawo me.

Yohanes 21:15-17

Azɔ esi woɖu nu vɔ la, Yesu gblɔ na Simon Petro bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem wu nenem me siawo mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽviawo. Egagblɔ nɛ zi evelia bena: Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem mahã? Egblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o. Egblɔ nɛ bena: Kpo nye alẽawo dzi. Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.

Dɔwɔwɔwo 2:44-46

Eye amesiwo katã xɔe se la, nɔ afi ɖeka, eye wowɔ nuwo katã hamenui; eye wotsɔ woƒe anyigbawo kple woƒe ŋutinuwo dzra, eye wòmã wo me na wo katã le amesiame ƒe hiahiã nu. Eye gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ

Dɔwɔwɔwo 4:34-35

Elabena hiãtɔa ɖeke mele wo dome o; elabena ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ, eye wotsɔe ɖa ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.

Dɔwɔwɔwo 7:59-60

Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la! Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.

Dɔwɔwɔwo 8:32-33

Eye nya, si xlẽm wòle la, enye esi: „Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge, eye alesi alẽ zia kpi le amesi le fu sẽm nɛ la ƒe ŋku me la, nenema ke eya hã meke eƒe nu o. Le eƒe bɔbɔɖeanyi me woɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa: Ameka axlẽ eƒe dzidzime afia mahã? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa tso anyigba dzi.“

Dɔwɔwɔwo 20:35

Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“

Romatɔwo 5:5-10

ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si wona mí la dzi. Elabena Kristo gɔ̃ hã, esime míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la, eku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le azãgbe, si woɖo ɖi la me. Elabena bebli hafi amea ɖe aku ɖe ame dzɔdzɔea ɖe ta; ame nyui la, ɖewohĩ amea ɖe ado dzi aku ɖe eta. Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me. Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la.

Romatɔwo 8:35-37

Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ŋutiwò la wowua mí ʋuu le ŋkeke bliboa katã me, wobua mí abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.“ Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti.

Romatɔwo 8:38-39

Elabena menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubua ɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.

Romatɔwo 12:3

Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.

Romatɔwo 12:9-13

Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti! Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu! Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã! Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi! Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!

Romatɔwo 12:14-18

Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o! Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la! Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo; màgaɖi nu kɔkɔwo yome o, hafi mibɔbɔ mia ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo boŋ. Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me; ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!

Romatɔwo 12:19-21

Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mo na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena; „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.“ Eyata ne do le wò futɔ wum la, na nuduɖui, ne tsikɔ le ewum la, na tsii; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi. Megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tso nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.

Romatɔwo 13:8-10

Miganyi naneke ƒe fe le amea ɖeke si o, negbe mía nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena amesi ke le ame bubu lɔm la, ewu se la nu. Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“ Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe amehavi ŋuti o; eyata lɔlɔ̃ lae nye sedziwɔwɔ.

Romatɔwo 14:1

Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o.

Romatɔwo 14:10-12

Ke wò la, nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mi katã míava nɔ tsitre ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“ Eyata azɔ mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.

Romatɔwo 14:13-15

Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o. Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na. Ke ne nɔviwò le nu xam le wò nuɖuɖu ŋuti la, ekema megale zɔzɔm le lɔlɔ̃ la nu o. Megatsɔ wò nuɖuɖu tsrɔ̃ ame ma, si la Kristo ku ɖo la o!

Romatɔwo 14:19

Eyata azɔ minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome?

Romatɔwo 15:1-7

Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o. Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu; elabena Kristo hã medze eɖokui ŋu o, hafi abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Amesiwo dzu wò la ƒe dzudzu va dze dzinye.“ Elabena nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene miatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ nukpɔkpɔ. Ke dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, miasusu tame ɖeka le mia nɔewo dome le Kristo Yesu nu, bene miatsɔ tame ɖeka kple nu ɖeka akafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la. Eyaŋuti mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu.

Romatɔwo 16:16

Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Kristo ƒe hamewo katã ɖuɖɔ mi ƒã.

Romatɔwo 16:17-18

Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ. Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.

Korintotɔwo I 2:9

Ke abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpo o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.“

Korintotɔwo I 6:7

Ke azɔ esia menyo na mi kura o bena, nyadɔdrɔ̃wo le mia dome ɖe mia nɔewo ŋuti. Nukaŋuti miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋuti boŋ oa? Nukaŋuti miena woba mi boŋ oa?

Korintotɔwo I 7:1-5

Nusi ŋuti mieŋlɔ nya nam le la, mebe: Enyo na ame bena, wòagade asi nyanu ŋu o. Ke le ahasiwɔwɔwo ŋuti la nyanu nane ŋutsu sia ŋutsu si, eye ŋutsu nanɔ nyɔnu sia nyɔnu si. Ŋutsu nawɔ nusi dzɔ la, na srɔ̃a, eye nyɔnu hã nawɔ na srɔ̃a nenema ke. Nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe srɔ̃ŋutsu la ko; ke nenema ke ŋutsu hã mekpe ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe nyɔnu la ko. Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.

Korintotɔwo I 9:19

Elabena ne menye ɖokuisime, si vo tso amewo katã gbɔ hã la, metsɔ ɖokuinye wo amewo katã ƒe dɔla, bene asinye nasu ame geɖeawo dzi;

Korintotɔwo I 10:24

Amea ɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu ta la boŋ.

Korintotɔwo I 10:32-33

Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o; abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.

Korintotɔwo I 12:25-26

bene mamãa ɖeke naganɔ ŋutilã me o, ke ŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe boŋ. Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.

Korintotɔwo I 13:1-8

Nenye ɖe metso amewo kple mawuɖɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo ƒoa nu, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne mele abe ayawagba, si ɖina alo abe gaƒoƒo, si ɖina la ene. Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o. Eye nenye ɖe megblẽ nye nuwo katã henyi ame dahewo, eye nenye ɖe metsɔ nye ŋutilã na, bene woafiãm, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne nyemenyo na naneke o. Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lolo fa meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, mewɔa nusi medze o, media ye ŋuta tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o; medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi. Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o; Nenye nyagbɔgblɔɖiwo la, woaɖe wo ɖa, nenye gbegbɔgblɔwo la, woadzudzɔ, nenye sidzedze la, woaɖee ɖa.

Korintotɔwo I 13:13

Ke azɔ la xɔse kple mɔkpɔkpɔ kpakple lɔlɔ̃, nu etɔ̃ siawo nɔa anyi; ke lɔlɔ̃ la ƒo wo katã ta.

Korintotɔwo I 14:1

Miti lɔlɔ̃ yome; ke midi gbɔgbɔ me nuwo vevie: vevietɔ bena miagblɔ nya ɖi.

Korintotɔwo I 16:14

Miwɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me!

Korintotɔwo 5:14-15

Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm, eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.

Korintotɔwo 6:4-10

ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me, le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me, le dzadzɛnyenye me, le sidzedze me, le dzigbɔgbɔ blewu me, le dɔmenyonyo me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe me, le lɔlɔ̃, si me alakpa mele o la me, le anukwarenya me, le Mawu ƒe ŋusẽ me; heto dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnu, siwo le nuɖusi me kple mia me la me, to bubu kple ŋukpe me, to ɖaseɖiɖi vɔ̃ kple ɖaseɖiɖi nyui me; abe ameblelawo ene, gake nyateƒetɔwoe; abe amesiwo womenya o ene, gake amesiwo wodze si kɔte la woe; abe amesiwo le kukum ene, gake kpɔ ɖa, míele agbe; abe amesiwo woƒo ene, gake womewu wo o; abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.

Korintotɔwo 8:2-5

Elabena xaxa me dodokpɔ geɖe me woƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ fũ kple woƒe ahedada, si nu sẽ la, gba go le le woƒe dzimekɔkɔ ƒe kesinɔnuwo me. Elabena mele ɖase ɖim bena, woa ŋutɔwo lɔ̃ na nu faa alesi wote ŋui, eye wona nu wu alesi wote ŋui hã. Eye wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me; eye menye alesi míekpɔ mɔ la ɖeɖeko o, ke boŋ wotsɔ wo ɖokui na Mawu gbã kpakple míawo hã to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me,

Korintotɔwo 8:7-9

Ke alesi miegba go le nusianu me le xɔse kple nya kple nunyanya kple veviedodo katã kple lɔlɔ̃, si mietsɔ lɔ̃ mi la me la, nenema ke miagba go le amenuveve sia me hã. Nyemele egblɔm abe sedede ene o, ke boŋ metsɔ ame bubuwo ƒe veviedodo do miaƒe lɔlɔ̃ hã ƒe vavãnyenye kpɔ. Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.

Korintotɔwo 8:12

Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.

Korintotɔwo 8:24

Azɔ ne míeɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple miaƒe adegbe, si míeƒona le mia ŋuti la, ƒe dzesi fia woamawo la, ekema mieɖee fia le hameawo ŋku me.

Korintotɔwo 9:7

Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzo la, eyae Mawu lɔ̃na.

Korintotɔwo 10:1

Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.

Korintotɔwo 12:10

Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.

Korintotɔwo 13:11-12

Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nadzɔ mi, mizu blibo, mina woafa akɔ na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mina anyi le ŋutifafa me, eye lolo kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi! Mitso nugbugbɔ kɔkɔe gbugbɔ nu na mia nɔewo!

Korintotɔwo 13:14

Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kpli mi katã!

Galatiatɔwo 3:28

Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.

Galatiatɔwo 5:6

Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.

Galatiatɔwo 5:13-15

Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me! Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“ Ke ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be míagatsrɔ̃ mia nɔewo o!

Galatiatɔwo 5:19-21

Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.

Galatiatɔwo 5:22-23

Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidzidudu; nenem nusiawo la se la metsi tre de wo ŋu o.

Galatiatɔwo 6:1-2

Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o. Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.

Galatiatɔwo 6:3-4

Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle. Ke amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋuta ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.

Galatiatɔwo 6:9-10

Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi! Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.

Efesotɔwo 1:4

abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me,

Efesotɔwo 1:15-16

Esiaŋuti nye hã, esime mese xɔse, si le mia si le Aƒetɔ Yesu me la, kple miaƒe lɔlɔ̃, si mietsɔ lɔ̃ ame kɔkɔeawo katã ŋutinya la, nyemedzudzɔ akpedada le mia ŋuti o, esime meɖoa ŋku mia dzi le nye kukuɖeɖewo me,

Efesotɔwo 2:4-5

Ke Mawu, amesi nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me la, le eƒe lɔlɔ̃ geɖe, si wòtso lɔ̃ mí la ŋuti, egba agbe mi amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo me la, kple Kristo — amenuveve wòtso ɖe mi —

Efesotɔwo 2:10

Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.

Efesotɔwo 3:17-19

bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me, eye wòali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi le lɔlɔ̃ me, bene mi kpakple ame kɔkɔewo katã míate ŋu adze si nusi nye kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme, eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sa la, bene woayɔ mi taŋ, ne miade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu.

Efesotɔwo 4:1-3

Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la le tamebɔbɔɖeanyi kple dɔmefafa katã me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye mihe adodo kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me, eye mido vevie, bene míadzra gbɔgbɔ ƒe ɖekanyenye la ɖo le ŋutifafa ƒe nublanu la me!

Efesotɔwo 4:28-32

Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo. Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la. Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la. Mina woaɖe veve helĩhelĩ kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome. Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.

Efesotɔwo 5:1-2

Azɔ la mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.

Efesotɔwo 5:21

eye mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Kristo vovɔ̃ me.

Efesotɔwo 5:25

Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene,

Efesotɔwo 5:28-30

Nenema ke wòle na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui; elabena amea ɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi, abe alesi Aƒetɔ la wona na hame la ene; elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.

Efesotɔwo 5:31-33

„Eyata ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la katã woanye ŋutilã ɖeka. Nya ɣaɣla sia lolo, ke nye la mele egblɔm le Kristo kple hame la ŋuti. Ke miawo hã mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyanu la nasi srɔ̃a ɖa.

Efesotɔwo 6:1-5

Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. „Bu fofowò kple dawo,“ — esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la — „bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“ Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke miayi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me. Mi dɔlawo la, miɖo to mia aƒetɔwo le ŋutilã nu kple vavã kpakple dzodzo nyanyanya le miaƒe dzimekɔkɔ me abe Kristo ene,

Efesotɔwo 6:23-24

Ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kple xɔse, si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana nɔviawo. Amenuveve nanɔ anyi kple amesiwo katã lɔ̃a mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖikaɖika la.

Filipitɔwo 1:8-10

Elabena Mawue nye nye ɖaseɖila, alesi mi katã miele dzroyem vevie le Yesu Kristo ƒe dɔmetɔtrɔ la me. Eye esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nana agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me, bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,

Filipitɔwo 2:1-4

Azɔ la ne nuxɔxlɔ̃a ɖe li le Kristo me, ne lolo ƒe dziɖeƒonyaa ɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadedea ɖe li, ne dɔmetɔtrɔa ɖe kple nublanuikpɔkpɔa ɖe li la, ekema miyɔ nye dzidzɔ la fũ, bene miaƒe tamesusu nana ɖeka, le esi lɔlɔ̃ ɖeka ma ke le mia si, eye mietsɔa gbɔgbɔ ɖeka susua nu ɖeka la ŋuti, migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui; amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ to dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu to la hã dzi!

Filipitɔwo 2:5-8

Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me, amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wòna hã la, mebui nuhahae bena, eye kple Mawu so o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame to ene. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase atitsoga ŋuti ku la me ke.

Filipitɔwo 4:1

Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔ, siwo le dzroyem, nye dzidzɔ kple nye fiakuku la, minɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me, nye lɔlɔ̃viwo!

Kolosetɔwo 1:3-4

Míeɖa akpe na Mawu, si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo la, ɖaasi le míaƒe gbedodoɖa ɖe mia ta la me, esime miese miaƒe Kristo Yesu dzixɔse kple lɔlɔ̃, si mietso lɔ̃ ame kɔkɔewo katã la,

Kolosetɔwo 1:24

Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,

Kolosetɔwo 2:2

bene woafa akɔ na woƒe dziwo, eye woabia wo ɖeka le lɔlɔ̃ me hena gɔmesese ƒe kakaɖedzi blibo ƒe kesinɔnyenye katã, bena woadze si Mawu, Fofo, kple Kristo ƒe nya ɣaɣla la,

Kolosetɔwo 3:8-11

Ke azɔ miawo hã miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me; migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu, afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.

Kolosetɔwo 3:12-17

Eyata esi míenye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nyaa ɖe le amea ɖe si ɖe amea ɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu. Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo! Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me. Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.

Kolosetɔwo 3:18-21

Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene. Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o. Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le nusianu me; elabena esia dze Aƒetɔ la ŋu nyuie. Mi fofowo la, migado dziku na mia wo, bene dzika nagatso wo ƒo o.

Kolosetɔwo 3:22-23

Mi dɔlawo la, miɖo to miaƒe aƒetɔwo le ŋutilã nu le nusianu me; menye le ame ŋku me nuwɔwɔ me, abe alesi wòdzea amewo ŋu la ene o, ke boŋ le dzimekɔkɔ me le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye nusianu, si ke miewɔna la, mi wɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o,

Kolosetɔwo 4:5-6

Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo. Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.

Tesalonikatɔwo I 3:12-13

Ke miawo la, Aƒetɔ ana miatsi ɖe dzi ahagba go le lɔlɔ̃ na mia nɔewo kple amewo katã me, abe alesi míawo hã míele na mi la ene, bene wòado ŋusẽ miaƒe dziwo, be woanɔ anyi mokaka manɔŋui le kɔkɔenyenye me le Mawu, mía Fofo la ŋku me le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe vavagbe la! Amen.

Tesalonikatɔwo I 4:9-10

Ke le nɔvilɔlɔ̃ ŋuti la mehiã mi bena, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o; elabena Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo; elabena miewɔ esia ke na nɔvi, siwo katã le Makedonia blibo la katã. Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miayi dzi geɖe wu,

Tesalonikatɔwo I 5:11-15

Eyata mifa akɔ na mia nɔewo, eye mido ŋusẽ mia nɔewo, abe alesi miewɔna hã ene. Ke míele kuku ɖem na mi, nɔviwo: Midze si amesiwo wɔa dɔ vevi le mia dome, eye wonɔ mia nu le Aƒetɔ la me, eye woglɔ̃a nu mi la, eye bena míabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me le mia nɔewo dome. Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã. Mikpɔ nyuie bena, amea ɖeke nagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, ke boŋ miti nyuididi na mia nɔewo kple amewo katã yome ɖaasi.

Tesalonikatɔwo II 1:3-5

Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi, ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti; nusiwo nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi bena, wobu mi be, miedze Mawu ƒe fiaɖuƒe, si ŋuti míekpe fu ɖo la,

Tesalonikatɔwo II 3:5

Ke Aƒetɔ la atrɔ miaƒe dziwo aɖo ta Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Kristo ƒe dzidodo la gbɔ.

Timoteo I 1:5

Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;

Timoteo I 1:14

Ke mía Aƒetɔ ƒe amenuveve sɔ gbɔ geɖe ŋutɔ le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.

Timoteo I 4:12

Megana amea ɖeke naɖo vlo wò ɖekakpuinyenye o, ke boŋ nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me.

Timoteo I 5:8

Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.

Timoteo I 6:11

Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.

Timoteo II 1:3-4

Meda akpe na Mawu, amesi mesubɔna, abe alesi menyae, tso tɔgbuitɔgbuinyewo gbɔ ene le dzitsinya dzadzɛ me, abe alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo dziwò le nye kukuɖeɖewo me zã kple keli o ene — ne medo ŋku wò aɖatsiwo dzi la, edzroam be, makpɔ wò, bene dzidzo nayɔm fũ —

Timoteo II 1:7-8

Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí. Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu,

Timoteo II 2:24-25

Ke ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiãa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,

Timoteo II 3:2-5

Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!

Timoteo II 3:10

Ke wò la èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo,

Tito 2:1-8

Ke wò la gblɔ nusiwo dze nufiafia, si le blibo, bena ame tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me. Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Wòaganye ameŋuzɔlawo o, wòaganye aha geɖe nola wo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo, bene woaxlɔ̃ nu ɖetugbiwo, ne woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo, woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o. Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be, woaɖu wo ɖokui dzi nyuie. Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie, wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.

Tito 3:1-5

Ɖo ŋu nusiawo na wo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulowo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena do nyui sia do nyui wɔwɔ: Woagagblɔ busunya ɖe amea ɖeke ŋuti o, wòaganye dzrehelawo o; woanye ame fetuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã. Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo. Ke esime Mawu, mía xɔla ƒe dɔmenyonyo kple amelɔlɔ̃ do la, exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,

Filemon 1:4-5

Meda akpe na Mawunye ɖaasi, ne meɖoa ŋku dziwò le nye gbedodoɖawo me, esi mesena le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ, si le asiwò hena Aƒetɔ Yesu kple ame kɔkɔewo katã la ŋuti,

Filemon 1:7-9

Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta. Eyata wònye dzideƒo geɖe le asinye le Kristo me be, made se na wò le nusi dze la ŋuti hafi, gake le lɔlɔ̃ ta la mele nu xlɔ̃m wò boŋ. Esi menye amesia tɔgbe la, nye Paulo tsitsi, si nye Kristo Yesu ƒe gatɔ hã azɔ la,

Hebritɔwo 6:10

Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.

Hebritɔwo 8:12

Elabena mave woƒe madzɔmadzɔnyenyewo nu, eye nyemagado ŋu woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo o.“

Hebritɔwo 10:24-25

eye míalé ŋku ɖe mia nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.

Hebritɔwo 12:6-9

elabena amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si woxɔna la, kple atam.“ Ne miedo dzi le tohehe me la, Mawu awɔ ɖe mia ŋu abe viwo ene; elabena vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã? Ke ne mimekpɔ tohehe, si gomekpɔlawo wo katã wonye o la, ekema ahasiviwo míenye, eye menye vi vavãwo míenye o. Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã?

Hebritɔwo 13:1-3

Nɔvilɔlɔ̃ nenɔ anyi! Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o. Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene.

Hebritɔwo 13:16

Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.

Yakobo 1:9

Ke nɔvi, si nye ɖokuibɔbɔɖeanyila la, naƒo adegbe le eƒe kɔkɔɖedzi me;

Yakobo 1:19-21

Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me; elabena ame ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe nu dzɔdzɔe o. Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.

Yakobo 1:26

Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.

Yakobo 2:2-6

Elabena ne ŋutsua ɖe de sikasigɛ asi, eye wòɖo awu nyui heva yi ɖe miaƒe ƒuƒoƒe, eye ame dahea ɖe hã do awu ƒoɖi va me, eye mielé ŋku ɖe amesi do awu nyui la ŋu, eye miegblɔ bena: Wò la bɔbɔ nɔ teƒe nyui sia, eye miegblɔ na ame dahe la bena: Wò la tsi tre ɖe afima alo bɔbɔ nɔ afii le nye afɔɖodzinu te la, ɖe miede vovo amewo dome le mia ɖokui me, eye miezu tamesusu vɔ̃wo ʋɔnudrɔ̃lawo o mahã? Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã? Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?

Yakobo 2:8-9

Ne miewu fiasedede la nu le ŋɔŋlɔ la nu be: „Nalɔ̃ hawòvi, abe alesi nèlɔa ɖokuiwò ene la,“ ekema miewɔe nyuie. Ke ne miele ame ŋku me kpɔm la, miewɔ nuvɔ̃, eye se la ƒoe ɖe mia nu miedze sii be, sedzidalawo míenye.

Yakobo 2:13

Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.

Yakobo 2:15-17

Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, eye mia dome amea ɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã? Nenema ke xɔse hã, ne dɔwɔwɔwo mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me.

Yakobo 3:5-6

Nenema ke aɖe hã nye ŋutinu suea ɖe ko, eye wokana ɖe nu gãwo ŋu. Kpɔ alesi dzo via ɖe tɔa dzo ave gã la ɖa! Eye aɖe la, dzo wònye; madzɔmadzɔnyenye ƒe xexemee nye aɖe le mía ŋutinuwo dome, eyae ƒoa ɖi ŋutilã blibo la katã, eye wòtɔa dzo agbenɔnɔ ƒe tododo blibo la katã, eye dzomavɔʋe tɔ dzo aɖe la ŋutɔ hã.

Yakobo 3:13-14

Amekae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome mahã? Eya netsɔ agbenɔnɔ nyui fia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me. Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o.

Yakobo 3:16-18

Elabena afisi ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, afima nu manyomanyo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ sɔŋ nɔna. Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o Ke woƒãa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse le ŋutifafa me na amesiwo wɔa ŋutifafa.

Yakobo 4:1-3

Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa? Ɖe menye afima wotso, tso miaƒe nudzodzro, siwo wɔa aʋa le miaƒe ŋutinuwo me la me o mahã? Miedzroa nu, eye miekpɔnɛ o; miewua ame, eye mieʋãa ŋu, eye miaƒe asi metea ŋu sua nu dzi o; miewɔa dzre, eye miewɔa aʋa; miate ŋu akpɔ naneke o; elabena miebiana o. Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.

Yakobo 4:6-11

Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“ Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo! Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto. Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi. Nɔviwo, migadzu mia nɔewo o! Amesi ke dzua nɔvia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui la, edoa vlo se la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Ke ne edrɔ̃ ʋɔnu se la la, menye se la dziwɔla o, ke boŋ se la ƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye.

Yakobo 4:17

Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.

Yakobo 5:8-10

Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ. Nɔviwo, migaɖu tse de mia nɔewo ŋuti o, bene womagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; kpɔ ɖa, ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtru la nu. Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wo miaƒe kpɔɖeŋu.

Yakobo 5:16

Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.

Petro I 1:22

Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.

Petro I 2:1-2

Eyata miɖe vɔ̃ɖinyenye katã kple aɖaŋu vɔ̃ katã kple alakpadada kple ŋuʋaʋã kple ameŋuzɔzɔ katã ɖa, eye abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xoxo la,

Petro I 2:17-18

Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, miyɔ Mawu, mibu fia la. Mi dɔlawo la, mibɔbɔ mia dokui na miaƒe aƒetɔwo le vɔvɔ̃ katã me, menye na aƒetɔ nyuiwo kple ame fatuwo ɖeɖeko o, ke boŋ na dɔmevevitɔwo hã.

Petro I 2:21-23

Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome, amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o; esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wokpe fu la, meɖo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe ɖe asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.

Petro I 3:8-9

Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui. Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.

Petro I 4:8-10

Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi. Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o. Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.

Petro I 5:5-7

Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu. Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi de dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.

Petro I 5:14

Mitsɔ lɔlɔ̃nugbugbɔ ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi amesiwo katã le Kristo Yesu me!

Petro II 1:5-7

Eye esia ŋuti ke mitsɔ veviedodo katã kpe ɖe eŋuti, eye miɖe amewɔwɔ fia le miaƒe xɔse me, eye le amewɔwɔ me la sidzedze, eye le sidzedze me la ɖokuidziɖuɖu, eye le ɖokuidziɖuɖu me la dzidodo, eye le dzidodo me la mawusosroɖa, eye le mawusosroɖa me la nɔvilɔlɔ̃ eye le nɔvilɔlɔ̃ me la lɔlɔ̃ na amewo katã.

Yohanes I 2:5

Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me.

Yohanes I 2:9-11

Amesi ke gblɔ bena, yele kekelia me, eye wòléa fu nɔvia la, egale viviti me kpakple egbe. Amesi ke lɔ̃a nɔvia la, eya naa kekeli la me, eye nuɖianua ɖeke mele eme o. Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.

Yohanes I 2:15

Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o.

Yohanes I 3:1

Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.

Yohanes I 3:11

Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene mialɔ̃ mía nɔewo;

Yohanes I 3:14-18

Míawo la míenyae be, mieto ku me heyi ɖe agbe lãme; elabena míelɔ̃a nɔviwo. Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me. Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o. Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, miatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta. Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã? Viwo, migana miatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ miatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.

Yohanes I 3:23

Eye esiae nye se la bena, miaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe alesi wòde se na mí ene.

Yohanes I 4:7-12

Lɔlɔ̃tɔwo, mina mialɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu. Amesi ke melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o; elabena Mawu enye lɔlɔ̃. Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me. Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo mielɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta. Lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, mialɔ̃ mia nɔewo. Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; ne mielɔ̃ mía nɔewo la, ekema Mawu noa mía me, eye eƒe lɔlɔ̃ la zua blibo le mia me.

Yohanes I 4:16-21

Eye míawo miedze si lɔlɔ̃, si Mawu tsɔ lɔ̃a mí, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye amesi nɔa lɔlɔ̃ la me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me. Esia me lɔlɔ̃ la zu blibo le mía gbɔ le, bena dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃gbe; elabena alesi eyama le la, nenema ke míawo hã míele le xexe sia me. Vɔvɔ̃a ɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe: elabena fetu vɔ̃ le vɔvɔ̃ me: ke amesi le vɔvɔ̃m la, mezua blibo le lɔlɔ̃ me o. Minɛ míalɔ̃e, elabena etre mí lɔlɔ̃! Ne amea ɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã? Eye miexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.

Yohanes I 5:1-3

Amesiame, si xɔse bena, Yesu ye nye Kristo la, Mawu me wodzii tso, eye amesiame, si lɔ̃a amesi dzii la, elɔ̃a amesi ke wodzi tso eyama me hã. Ne míelɔ̃a Mawu, eye mieléa eƒe seawo me ɖe asi la, esia me míedze sii le bena, míelɔ̃a mawuviwo. Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.

Yohanes II 1:3

Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kpakple ŋutifafa, si tso Mawu Fofo la kple Yesu Kristo, si nye Fofo la ƒe Vi la gbɔ la, anɔ anyi kpli mi le nyateƒe kple lɔlɔ̃ me!

Yohanes II 1:5-6

Eye azɔ la mele kuku ɖem na wò, aƒenɔ — menye se yeye wònye meŋlɔ ɖo ɖe wò o, ke boŋ esi le mía si tso gɔmedzedzea me lae — bena míalɔ̃ mia nɔewo. Eye esiae nye lɔlɔ̃ la bene, míazɔ ɖe eƒe seawo nu. Esia nye se la bena, miazɔ eme, abe alesi miese tso gɔmedzedzea me ene.

Yuda 1:21-23

eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la bena agbe mavɔ. Eye mikpɔ nublanui na amea ɖewo, amesiwo le ɖi kem, miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.

Nyaɖeɖefia 1:5

eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,

Nyaɖeɖefia 2:4

Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi.

Nyaɖeɖefia 2:19

Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wo subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye bena wò dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu gbãtɔwo.

Nyaɖeɖefia 3:19

Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?

Nyaɖeɖefia 7:16-17

Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o; elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.

Nyaɖeɖefia 21:2

Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.

Nyaɖeɖefia 21:4-7

Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo. Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa. Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net