12 – Gbɔdɔdɔ ƒe Nuvɔ̃

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Gbɔdɔdɔ ƒe Nuvɔ̃.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Mateo 5:28

ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.

Galatiatɔwo 5:24

Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu.

Mateo 19:9

Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 177 kpukpuiwo

Mose I 2:24

Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.

Mose I 18:20-32

Tete Yehowa gblɔ bena: Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa. Eyata maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya. Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko. Eye Abraham te ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã? Ɖewohi ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ anɔ dua me; ɖe àtsrɔ̃e, eye màtsɔe ake teƒe la le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃, siwo le eme la ta o mahã? Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom-dua me la, ekema màtsɔe ake teƒe blibo la le woawo la. Abraham xɔ dzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye amesi nye anyi kple afi ko la, meɖo dzi be, maƒo nu kpli wò, Aƒetɔ! Ɖewohi ame atɔ ato le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ me; le ame atɔ ta la, ɖe atsrɔ̃ ɖu blibo la katã mahã? Eɖo ŋu be: O, ne makpɔ ame blane vɔ atɔ̃ le eme la, nyematsɔe o. Eye wògayi dzi ƒo nu kplii gblɔ bena: Ɖewohĩ woakpɔ ame blane le eme. Eɖo ŋu be: Le ame blane ta nyemawòe o. Eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, megabi dzi be, megale nu ƒo ge o loo! Ɖewohi woakpɔ ame blaetɔ̃ le eme. Eɖo ŋu nɛ bena: Ne makpɔ ame blaetɔ̃ le eme la, nyemawɔe o. Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, medo dzi be, maƒo nu kpli wò Aƒetɔ. Ɖewohi woakpɔ ame blave le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame blave ta nyematsrɔ̃ wo o. Eye wògblɔ be: Aƒetɔ, megabi dzi o loo, ne magaƒo nu zi ɖeka pɛ ko. Ɖewohĩ woakpɔ ame ewo le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame ewo ta nyematsrɔ̃ wo o.

Mose I 19:1-11

Mawudɔla eveawo va ɖo Sodom le fiẽ me, eye Lot bɔbɔ nɔ Sodom gbɔ nu. Ke esi Lot kpɔ wo la, etsi tre yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi. Eye wògblɔ bena: Oo, nye aƒetɔwo, mitrɔ va dze miaƒe dɔla gbɔ, ne míatsi adɔ, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu; etsɔ ŋdi kanya hafi miagadze miaƒe mɔ dzi. Ke woɖo ŋu ne bena: O, míatsi dugbɔdzi le ablɔ me adɔ boŋ. Eye esi wòƒoe ɖe wo nu ʋuu la, wòtrɔ va dze eƒe me. Eye wòto tatali heɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu. Ke esi womekpɔ mia anyi haɖe o la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo, keke dua ƒe mlɔenutɔwo ke hã va, eye woɖe to ɖe aƒe la. Tete wodo ɣli yɔ Lot gblɔ bena: Afika ŋutsu, siwo va gbɔwò egbe fiẽ la le? Kplɔ wo do go va mía gbɔe, ne míanya wo. Eye Lot do go yi wo gbɔ le agbo la godo, eye wòtu ʋɔ ɖewo nu. Eye wògblɔ bena: Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa o! Míkpɔ ɖa, vinyenyɔnu eve li, amesiwo medo ŋutsu gbɔ kpɔ o, makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nusi mielɔ̃ la, ɖe wo ŋu faa; ɖeko migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu siawo ŋu o, elabena esiata wova dze gbɔnye ɖo. Eye wodo ɣli ɖe eta gblɔ bena: Te ɖa afia! Wò amedzro ɖeka hã sia, si va dze mía gbã la, nanɔ ɖokuiwò wum amegãe alea? Azɔ la miawo vo ɖe wòa ŋuwò wu woawo gɔ̃. Eye wonyẽ zi ɖe Lot dzi gbidigbidi, be yewoagbã ʋɔa. Ke ŋutsuawo do abɔ ɖa he Lot va wo ɖokui gbee le aƒea me, eye wotu ʋɔa. Eye wotsɔ ŋkuagbã ƒo ŋutsu, siwo le xexe le ʋɔtrua nu, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ale bena ɖeɖi koe te wo ŋu dzodzro le ʋɔtrua nu didi me.

Mose I 19:12-17

Eye ŋutsuawo gblɔ na Lot bena: Amea ɖewo gale asiwò le afisia? Kplɔ towòwo kple viwònyɔnuwo kple tɔwo to, siwo katã le dua me la, do go tso teƒe sia. Miele teƒe sia tsrɔ̃ ge, elabena dodo ɖe wo ta ɖi ɖe Yehowa ƒe to me; eyata Yehowa ɖo mí ɖa, bena míatsrɔ̃e. Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae. Esi dzite tso la, mawudɔlawo ƒo du ɖe Lot te gblɔ bena: Tso nakplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eve, siwo le gbɔwò la, ne màgatsrɔ̃ le ɖu la ƒe vodada ta o! Ke esi wòle tɔtrɔm la, ŋutsuawo lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo do goe, eye woɖe asi le wo ŋu ɖe du la godo; elabena Yehowa ve woawo nu. Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!

Mose I 19:24

Eye Yehowa na aŋɔ kple dzo dza tso dziƒo tso Yehowa gbɔ ɖe Sodom kple Gomora dzi.

Mose I 19:26

Ke srɔ̃a nye kɔ kpɔ megbe, eye wòzu dzekɔ.

Mose I 20:3

Ke le zã me la Mawu va Abimelex gbɔ le ɖrɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, àku kokoko le nyɔnu, si nèxɔ la ta, elabena ame srɔ̃e.

Mose I 34:2

Tete anyigba ma dzi fia, Xamor Xiwitɔ, ƒe ŋutsuvi Sixem kpɔe, eye wolee de asi eŋu, hegblẽe sesẽe.

Mose I 34:7

Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.

Mose I 34:26-27

Wowu Xamor kple via Sixem hã kple yi, eye wokplɔ Dina tso Sixem ƒe me hedzoe. Ke Yakob vi mamleawo va ɖe nu le ame kukuawo ŋu, eye woha du la, elabena wogblẽ wo nɔvinyɔnu.

Mose I 34:31

Woɖo ŋu ne bena: Ɖe eya kpɔ mɔ abu mia nɔvi gboloe mahã?

Mose I 38:15-26

Ke esi Yuda kpɔe la, ebu be, gboloa ɖee; elabena etsyɔ nu ŋku me. Tete wòdze yi ɖe egbɔ gblɔ bena: Na mamlɔ gbɔwò! Elabena menyae bena, lɔ̃xoa wònye o. Eɖo ŋu nɛ bena: Nuka nanam hafi amlɔ gbɔnye? Egblɔ bena: Malé gbɔ̃tsu ɖeka le lãhawo me aɖo ɖe wò. Eɖo ŋu bena: Ekema tsɔ nane ɖo awɔba nam, vaseɖe esime naɖoe ɖem. Eye wòbiae bena: Nuka matsɔ aɖo awɔba na wò mahã? Eɖo ŋu be: Wò ŋkɔsigɛ, si nètsɔna ɖoa ŋkɔ nu dzi, kple eŋuti ka kpakple wò atikplɔ, si le asiwò la! Tete wotsɔ wo nɛ, eye wòmia egbɔ, eye wòfɔ lu nɛ. Tete wòdzo yi, eye wòɖe motsyɔnu la ɖi gatsɔ eƒe ahovɔwo ta. Emegbe la Yuda tsɔ gbɔ̃tsu la ɖe xɔlɔ̃a Adulamtɔ la si, be wòaxɔ awɔbaɖonu la le nyɔnu la si; gake mekpɔe o. Eye wòbia dua me ŋutsuwo bena: Afika gbolo, si nɔ Enaim-mɔ dzi la le? Woɖo eŋu ne bena: Gboloa ɖeke menɔ afisia kpɔ o. Tete wòtrɔ yi Yuda gbɔ gblɔ bena: Nyemekpɔe o, eye dua me ŋutsuwo hã gblɔ bena, gboloa ɖeke menɔ afisia kpɔ o. Yuda gblɔ bena: Nenɔ esi ko! Ne menya ɖu fewu le mía ŋuti o ko. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o. Anɔ ɣleti etɔ̃ megbe la wogblɔ na Yuda bena: Lɔ̃xowò Tamar wɔ ahasi, eye wòfɔ fu ɖe eme. Tete Yuda gblɔ bena: Mikplɔe ɖo goe, ne míatɔ dzoe! Ke esi wokplɔe do goe la, edɔ ame ɖo ɖe toa gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu, si ƒe nu enye esiawo la, eyae ɖo fum. Eye wògblɔ bena: Lé ŋku ɖe eŋu nyuie be, ameka tɔ enye ŋkɔsigɛ la kple eŋuti ka kpakple alikplɔ la mahã? Esi Yuda ɖe ŋku ɖee nyuie la, egblɔ bena: Etɔ dzɔ wu tanye, elabena nyematsɔe na vinye Sela wòɖe o. Tso ema dzi la megade asi eŋu kpɔ o.

Mose I 39:7-12

Le nusiawo megbe la eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ bena: Va mlɔ gbɔnye. Ke egbe, eye wògblɔ na eƒe aƒetɔ srɔ̃ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ megatsɔ ɖeke le aƒea ƒe nya me o, eye wòtsɔ eƒe nuwo katã ɖe asi nam. Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã? Eye wonɔa nya sia gblɔm na Yosef ŋkeke sia ŋkeke, ke melɔ̃ be, yeamlɔ egbɔ, eye yeade asi eŋu o. Gbe ɖeka esi wòva aƒea me, be wòawɔ eƒe dɔwo, eye aƒeametɔa ɖeke meli o la, ele eƒe avɔ, eye wògblɔ bena: Va mlɔ anyi kplim! Ke egblẽ eƒe avɔ la ɖe esi me, eye wòsi do go le aƒea me.

Mose I 39:13-20

Esi wòkpɔ be, egblẽ eƒe avɔ ɖe ye si hesi do go la, eya aƒeametɔwo vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, ekplɔ Hebritɔ sia vɛ na mi, amesi ɖi be, yeado ŋukpe mí. Eva gbɔnye, be yeamlɔ anyi kplim, ke medo ɣli sesĩe! Esi wòkpɔ be, medo ɣli sesĩe la, egblẽ eƒe avɔ ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me. Eye wotsɔ eƒe avɔ ta da ɖe eɖokui gbɔ, vaseɖe esime eƒe aƒetɔ gbɔ. Eye wògblɔ nya mawo ke na eya hã bena: Kpɔ ɖa, Hebri-kluvi, si nekplɔ vɛ na mi la, va gbɔnye, be yeado ŋukpem. Ke esi medo ɣli sesĩe la, egblẽ eƒe avɔ ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me. Esi eƒe aƒetɔ se nya, siwo srɔ̃a gblɔ nɛ bena: ale kple ale wò kluvi wɔ ɖe ŋunye la, dɔme vee ŋutɔ. Eye Yosef ƒe aƒetɔ lée de gaxɔ, si me fia ƒe gatɔwo nɔna la me, eye wònɔ afima le gaxɔa me.

Mose II 20:14

Megawɔ ahasi o.

Mose II 20:17

Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi to la ƒe ɖeke dzi o.

Mose II 22:19

Amesiame, si adɔ lãa ɖe gbɔ la, woawui.

Mose III 18:6-18

Amea ɖeke megamlɔ eƒe ƒometɔ kekeake gbɔ ade asi eŋu o. Nyee nye Yehowa. Megaɖe ama fofowò o, eye megade asi dawo ŋu o; dawò wònye, eyata megade asi eŋu o. Megade asi fofowò srɔ̃ ŋu o, elabena eƒe ama nye fofowò tɔ. Megaɖe asi nɔviwònyɔnu, fofowò vinyɔnu alo dawò vinyɔnu, si wodzi ɖe aƒe alo ɖe afi bubu la ŋu o. Megaɖe asi viwòŋutsu ƒe vinyɔnu alo viwònyɔnu ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena wò ŋutɔ wò ama wònye. Megaɖe asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena wò ŋutɔ fofowòe dzii, eye nɔviwònyɔnu hãe wònye. Megade asi fofowò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena eya kple fofowòe dzɔ tso dɔ ɖeka me. Megade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena eya kple dawòe dzɔ tso ɖɔ ɖeka me. Megaɖe ama fofowò nɔviŋutsu o, eye megamlɔ srɔ̃ gbɔ hã o, elabena dawòɖiae. Megaɖe asi viwòŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o. Megade asi nɔviwòŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwòŋutsu ƒe amae. Megaɖe asi nyɔnua ɖeke kple vianyɔnu siaa ŋu o, eye megaɖe asi viaŋutsu ƒe vinyɔnu kple vianyɔnu ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ kekeakewo wonye; ŋukpenanu wònye. Ne srɔ̃wò le agbe la, megaɖe nɔvianyɔnu kpe ɖe eŋu o, eye megaɖe asi eŋu hã o, bena nagadɔ atsusidzre o.

Mose III 18:19-23

Ne nyɔnua ɖe kpɔ dzinu la, megamlɔ egbɔ ade asi eŋu o. Megaɖe asi hawòvi srɔ̃ ŋu, bena nado ŋunyɔ ɖokuiwò o. Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa. Megadɔ ŋutsu gbɔ abe nyɔnu gbɔ ene o, ŋunyɔnu wònye. Megade asi lã ŋu ahado ŋunyɔ ɖokuiwò o, eye nyɔnua ɖeke megana lã nayɔ asii o, ŋukpenanu vɔ̃ɖi wònye.

Mose III 19:29

Megagblẽ viwònyɔnu, eye naɖoe ɖe ahasigbe o, bena anyigba la nagazu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo nanɔ edzi o.

Mose III 20:10-16

Ne amea ɖe wo ahasi kple ŋutsua ɖe srɔ̃ la, ekema ewo ahasi kple ehavi srɔ̃, eye ele be, woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa. Ne amea ɖe do fofoa srɔ̃ gbɔ la, ekema eɖe fofoa ƒe ama ɖe go; ele be, woawu wo kple eve la, woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe. Ne amea ɖe dɔ viaŋutsu srɔ̃ gbɔ la, woawu wo kple eve la; elabena ŋukpenanu vɔ̃ɖi wowɔ, eye woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe. Ne ŋutsua ɖe do ŋutsu gbɔ, abe alesi wodɔa nyɔnu gbɔe ene la, ekema woa kple eve wowɔ ŋunyɔnu; ele be, woawu wo, woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe. Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnua ɖe kple dada siaa la, ŋukpenanu wònye, ele be, woatɔ dzo ŋutsu la kple nyɔnuawo, bena ŋukpenanuwɔwɔ maganɔ mia dome o. Ne ŋutsua ɖe ɖe asi lã ŋu la, ekema woawui, eye miaƒo lã la woaku. Eye ne nyɔnua ɖe na lãa ɖe yɔ asii la, ekema woaƒo nyɔnu la kple lã la woaku; ele be, woawu wo, elabena woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe

Mose III 20:17-21

Ne amea ɖe ɖe nɔvianyɔnu, si nye fofo via alo dada via, eye wòkpɔ eƒe ama, eye nyɔnu la hã kpɔ eƒe ama la, ekema ŋukpenanu wònye, eye woatsrɔ̃ wo le woƒe dukɔ me viwo dome, elabena eɖe nɔvianyɔnu ƒe ama ɖe go, eye fɔɖiɖi la le edzi. Ne amea ɖe dɔ nyɔnua ɖe, si kpɔ dzinu gbɔ, eye wòɖe eƒe ama, si me ʋu le dodom le, ɖe go la, ekema woatsrɔ̃ woa kple eve la ɖa le woƒe dukɔ la dome. Amesi ɖe asi dada nɔvinyɔnu alo fofoa nɔvinyɔnu ŋu la, eɖe eƒe ƒometɔ kekeake ƒe ama ɖe go, eye fɔɖiɖi la le wo dzi. Ne amea ɖe do fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ gbɔ la, ekema ede fofoa nɔviŋutsu ƒe ama de go; woƒe nuvɔ̃ la le wo dzi, eye woatsi ko vaseɖe woƒe ku me. Ne amea ɖe ɖe nɔviaŋutsu srɔ̃ la, ŋunyɔnu wònye; eya ŋuta nɔviaŋutsu ƒe ama wòɖe ɖe go, eye woatsi ko.

Mose III 21:7-9

Womekpɔ mɔ aɖe gbolo, nyɔnu, si gblẽ, alo nyɔnu, si srɔ̃ gbe o; elabena ame kɔkɔewo wonye na woƒe Mawu. Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe. Ne nunɔlaa ɖe ƒe vinyɔnu gblẽ le ahasi wɔm la, ekema eƒo ɖi fofoa; ele be, woatɔ dzoe.

Mose III 21:14

Mekpɔ mɔ aɖe ahosi alo nyɔnu, si gbe atsu, nyɔnu, si gblẽ, alo gbolo o: ke boŋ ɖetugbi wòaɖe tso eƒe dukɔ me viwo dome;

Mose IV 5:12-13

Gblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsua ɖe srɔ̃ da ƒu, eye meɖi anukware nɛ o, eye ŋutsu bubu ɖe asi eŋu, gake srɔ̃ menyae o, eye wòtsi vivi me, wònye egblẽ kɔ ɖo hafi, eye ɖasefoa ɖeke meli o, eye womelée asiasi hã o,

Mose IV 5:29

Esia nye se le anukluiwɔwɔ ŋu. Ne nyɔnua ɖe ɖa ƒu ɖe srɔ̃a ŋu, eye wogblẽ kɔ ɖo,

Mose IV 25:6

Esi wole avi fam le Mawu ƒe agbadɔa nu la, Israel-ŋutsua ɖe kplɔ Midian-nyɔnua ɖe va wo tɔwo gbɔe le Mose kple Israel-viwo ƒe ha blibo la ŋku me.

Mose V 5:18

Megawɔ ahasi o.

Mose V 5:21

Hawòvi srɔ̃ megabiã ŋu na wò o, eye hawòvi ƒe aƒe kple eƒe agble, eƒe dɔlaŋutsu kple eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu kple eƒe tedzi kpakple nusianu, si nye hawòvi to la, ƒe ɖeke megabiã ŋu na wò o.

Mose V 22:5

Nyɔnua ɖeke megado ŋutsuwu o, eye ŋutsua ɖeke megado nyɔnuwu o; elabena amesi wɔ nusia la, enye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la.

Mose V 22:20-21

Ke nenye nyateƒee be, womekpɔ nyɔnuvi la aƒe o la, ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme.

Mose V 22:22

Ne wòlé ŋutsu, si de asi nyɔnu srɔ̃tɔa ɖe ŋu la, ekema woawu ŋutsu, si de asi nyɔnua ŋu kpakple nyɔnu la siaa. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le Israel!

Mose V 22:23-24

Ne wobia nyɔnuvia ɖe ta, hafi ŋutsua ɖe lée le dua me de asi eŋu la, ekema woakplɔ wo kple eve la ayi dua godo, eye woaƒu kpe wo woaku; woawu nyɔnuvi la, elabena du mee wòlée le, gake medo ɣlio; woawu ŋutsu la, elabena egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.

Mose V 22:25-27

Ke nenye gbe mee ŋutsua lé amea ɖe ƒe ŋugbetɔ le sesẽ de asi eŋu la, ekema woawu ŋutsu, si de asi eŋu ta, ɖeɖeko. Migawɔ naneke nyɔnuvi la o, elabena mewɔ naneke, si dze ku o; ke boŋ nya la nanɔ, abe alesi amea ɖe adze nɔvia dzi awui la, ƒe nya ene. Elabena gbe mee wòlée le, eye ne ŋugbetɔ la ɖo ɣli hã la, amea ɖeke meli axɔ nɛ o.

Mose V 22:28-29

Ne amea ɖe lé nyɔnuvi, si ta womebia o, hede asi eŋu, eye wòlé wo la, ekema ŋutsu, si de asi eŋu la, naxe klosalo blaatɔ̃ na nyɔnuvia fofo, eye woaxɔe aɖe, le esi wògblẽe la ta, eye mekpɔ mɔ aɖe asi le eŋu le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o.

Mose V 22:30

Amea ɖeke megaɖe fofoa srɔ̃, eye wòaklo fofoa ƒe avɔ o.

Mose V 23:2

Ahasivia ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o; kekeke eƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.

Mose V 23:17-18

Gboloa ɖeke meganɔ Israel-vinyɔnuwo dome o, eye Israel-viŋutsua ɖeke meganye ahasitɔ o. Megaɖe adzɔgbe atsɔ nyɔnu alo ŋutsu ƒe ahasihoa ɖeke ava Yehowa, wò Mawu la, ƒe me o, elabena ŋunyɔnu woa kple eve la siaa nye na Yehowa, wò Mawu la.

Mose V 27:20

Amesi de asi fofoa srɔ̃ ŋu la, aɖi eŋu; elabena eklo fofo ƒe avɔ! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Mose V 27:21

Amesi de asi lãa ɖe ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Mose V 27:22

Amesi ɖe asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa alo dadavia ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Mose V 27:23

Amesi ɖe asi lɔ̃xoa ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!

Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:1

Tete Simeon yi Gaza, eye wòkpɔ gboloa ɖe le afima heyi egbɔ.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:1-2

Le ɣemaɣi la fiaa ɖeke menɔ Israel o. Eye Lewi-ŋutsua ɖe yi ɖanye amedzro le Efrayim-to la ƒe mlɔenu, eye wòdze ahiã tso Betlexem-Yuda. Eye eƒe ahiã la wo ahasi le emegbe, eye wodzo yi fofoa ƒe me le Betlexem-Yuda hetsi afima dzinu ene.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:22-30

Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe! Tete ŋutsu, si nye aƒeatɔ la, ɖo yi wo gbɔ gblɔ na wo bena: Oo, nɔvinyewo, migawɔ nu vlo sia o! Esi wònye aƒenye me ŋutsu sia va dze la, eyata migawɔ nu baɖa sia o! Kpɔ ɖa, makplɔ vinyenyɔnu kple ŋutsu la ƒe ahiã ɖoe, ne miade asi wo ŋu, eye miawɔ nusianu, si dze mia ŋu la, ɖe wo ŋu; ke migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu sia ŋu o! Ke ŋutsuawo gbe toɖoɖoe. Tete ŋutsu la kplɔ eƒe ahiã yi wo gbɔ le xexe, eye wode asi eŋu hewɔ funyafunyae zã blibo la, vaseɖe esime ŋu ke; eye esi agu dze la, woɖe asi le eŋu. Esi ŋua mekpɔ ke ɖe le eme keŋ o la, nyɔnu la va dze anyi ɖe ŋutsua ƒe xɔ, si me eƒe aƒetɔ le la, ƒe ʋɔtru nu, vaseɖe esime ŋua ke ɖe le eme. Eye esi eƒe aƒetɔ fɔ ŋdi, eye woʋu nɔa do, be yeayi eƒe azɔli dzi la, tete nyɔnu, si nye eƒe ahiã la, tsra ɖe xɔa ƒe ʋɔtru nu, eye eƒe asiwo le kpuia dzi. Eye wògblɔ ne bena: Tsi tre, ne miadzo! Ke meɖo ŋu nɛ o. Tete wòkɔe ɖo tedzi la dzi, eye ŋutsua dze mɔ yi enɔƒe. Esi wògbɔ va aƒe la, etsɔ hɛ, eye wòlé eƒe ahiã la heflii kɔ wuieve ɖe eƒe ƒunuɖeƒeewo, eye wòɖo wo ɖe Israel-nyigba blibo la katã dzi. Eye amesiame, si kpɔe la, gblɔ bena: Esia tɔgbe medzɔ kpɔ o, eye womekpɔ eteƒe kpɔ, tso esime Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi vaseɖe egbe o. Mibu eŋu, miɖo aɖaŋu, eye miƒo nu le eŋu!

Ʋɔnudrɔ̃lawo 20:10-11

Eye miaɖe ŋutsu ewo te ame alafa me, ŋutsu alafa le ame akpe me, eye ŋutsu akpe le ame akpe ewo me tso Israel-toawo katã me, ne wòayi aɖatsɔ mɔ dzi nuɖuɖu vɛ na dukɔ la, eye ne wogbɔ la, míawɔ Gibea-Benyamin ɖe nu vlo, si wòwɔ le Israel la nu pɛpɛpɛ. Tete Israel-ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wòbia ɖekae ɖe du la ŋu.

Samuel I 2:22

Ke Eli ku amegã ɖeɖi, eye wose nusiwo katã viawo nɔa wɔwɔm ɖe Israel blibo la ŋu kple alesi wonɔa nyɔnu, siwo le dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔ nu la gbɔ dɔmee.

Samuel II 11:2-5

Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ. Tete Dawid do woyi ɖabia nyɔnu la gome se, eye wogblɔ bena: Eya nye Eliam ƒe vinyɔnu Bat-Seba, Uriya, Xititɔ la srɔ̃! Eye Dawid do ame woyi ɖakplɔe vɛ, eye esi wòva egbɔ la, ede asi eŋu. Esi nyɔnu la kpala ɖinu la le eɖokui ŋu vɔ la, etrɔ yi eƒe me. Eye nyɔnu la fɔ fu, eye wòdo woyi ɖagblɔ na Dawid bena: Mefɔ fu.

Samuel II 12:9-12

Nukaŋuti nèdo vlo Yehowa ƒe gbe hewɔ nu vɔ̃ɖi sia le eƒe ŋku me? Ewu Uriya, Xititɔ la, kple yi, eye nèxɔ srɔ̃a ɖe; ke ètsɔ Amon-viwo ƒe yi wu eya ŋu tɔe. Eyata yi madzo le aƒewò me gbeɖe o, le esi nèɖo vlom, eye nèxɔ Uriya Xititɔ la srɔ̃ ɖe ta. Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana dzɔgbevɔ̃e natso aƒewò me ava dziwò, eye maxɔ srɔ̃wòwo le ŋkuwò me atsɔ na xɔ̃wòvi, eye wòadɔ srɔ̃wòwo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ. Wòa èwɔe le bebe me, ke nye la mawɔ nusia le Israel blibo la ŋku me le ŋdɔ.

Samuel II 13:11-14

Esi wòtsɔe nɛ, be woaɖu la, elée gblɔ nɛ bena: Nɔvinyenyɔnu, va mlɔ gbɔnye! Ke eɖo ŋu bena: Kpao, nɔvinye! Megagblẽm o, elabena womewɔna alea le Israel o! Megawɔ ŋukpenanu sia o! Ke nye ɖe, afika mayi kple nye ŋukpe la? Eye wòabu wò ɖe ŋukpenanuwɔlawo dome le Israel. Ƒo nu kple fia la, elabena matem wò o! Ke egbe toɖoɖo eƒe gbe, eye wòlée zi edzi hegblẽe.

Fiawo I 11:1-6

Ke fia Salomo lɔ̃ dutanyɔnu geɖewo, siwo tso Moab, Amon, Edom, Zidon kple Xet hekpe ɖe Farao-vinyɔnu la ŋu. Dukɔ, tsiwo ŋu Yehowa gblɔ la na Israel-viwo bena: Migaɖe wo dome o, eye woawo hã megava mia dome o, elabena woava trɔ miaƒe dziwo ɖe woƒe mawuwo ŋu la, ŋuti Salomo ku ɖo, eye wòlɔ wo. Esrɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi. Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o. Salomo dze Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Milkom, si nye Amonitɔwo ƒe ŋunyɔnu la yome. Salomo wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye medze Yehowa yome blibo abe fofoa Dawid ene o.

Fiawo I 14:24

Matrewɔlawo hã le anyigba la dzi, eye wokpɔ dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋku me la, ƒe ŋunyɔnuwo katã wɔ.

Fiawo I 15:12

Enyã matrewɔlawo ɖa le anyigba la dzi, eye wòɖe legba, siwo fofoa wɔ la ɖa.

Fiawo I 22:46

Eye wònyã matrewɔla, siwo kpɔtɔ le fofoa Asa ŋɔli la ɖa le anyigba dzi.

Fiawo II 23:7

Egbã matrewɔlawo ƒe xɔ, siwo le Yehowa ƒe aƒe la me, afisi nyɔnuwo nɔa agbadɔvɔ lɔ̃m na Asera le la.

Hiob 31:1

Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?

Lododowo 2:16-17

ne wòaɖe wò tso ame tutɔ srɔ̃ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami de eƒe nyawo la, si me, amesi gblẽ eƒe ɖetugbi me srɔ̃ ɖi, eye wòŋlɔ woƒe Mawu ƒe nubabla be;

Lododowo 5:3-4

Elabena nyɔnu tutɔ ƒe nuyi le anyĩtsi tsyɔm, eye eƒe veme zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu ami; ke mlɔe ke la evena wu atsa, eye wòɖana wua yi nuevee.

Lododowo 5:20

Ke vinye, nukaŋuti nyɔnu tutɔ ana nana ya mum, eye nakpla asi kɔ na dutanyɔnu?

Lododowo 6:24-29

Ne nadzra ɖokuiwo do tso nyɔnu vɔ̃ɖi la si me kpakple dutanyɔnu ade zɔzrɔ̃etɔ la si me. Eƒe tugbedzedze megadzro wò le dzi me o, eye megatsɔ eƒe aɖaba le wò o. Elabena gbolo ɖe wòɖia gbɔ ame vaseɖe abolo dzi, eye nyɔnu srɔ̃tɔ le agbe xɔasi la minyam. Ɖe amea ɖe ate ŋu aɖe dzo de akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã? Alo ɖe amea de azɔ dzoka xɔxɔ dzi, eye eƒe afɔ nagbe fiafiã? Alea ke wòanɔ na amesi de ehavisrɔ̃ gbɔe; amesiame, si de asi eŋu la, metsi to mahemahe o.

Lododowo 6:32

Gake amesi wɔ ahasi kple nyɔnua ɖe la, tagbɔ gbegblẽtɔ wonye; amesi le didim be, yeatsrɔ̃ yeƒe agbe la, eyae wɔa ale nusia tɔgbe.

Lododowo 7:5-10

ne woadzra wò ɖo tso nyanu tutɔ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me. Mele nye xa ƒe fesre nu kpa nu to adzrala nu. Tete meɖe ŋku ɖe ame bebewuwo dome, eye mekpɔ ɖekakpuivi bometsilaa ɖe le ŋutsuviwo dome. Eya le tsatsam le kpɔdomee le eƒe dzogoe kasa, eye wòle zɔzɔm ɖo ta eƒe aƒe gbɔ le fiẽ, esime anyigba le tsyɔtsyɔm, le zã kple blukɔ me. Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe le gbolovɔ me va do goe, eye ayedzedze le tame nɛ.

Lododowo 7:21-27

Etsɔ eƒe nuƒoƒo geɖegeɖeawo blee, eye wòtsɔ eƒe nuyi zɔzrɔ̃e la lẽe. Ekplɔe ɖo kɔ̃ enumake abe nyitsu, si yina de ewuƒe ene, abe sẽ, si yina gege ge de mɔ̃ me ene, vaseɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã; eye abe xevi, si zɔ ɖe mɔ̃ dzi, eye menyae be, yeƒe ku wonye o la ene. Eyata, mi viwo, miɖo tom, eye milé to ɖe nye numenyawo ŋu. Megana wò dzi nadze ayi eƒe mawo dzi o, eye megatra yi etoƒewo o. Elabena amesiwo tsi esi me heɖo baba ɖi la, sɔ gbɔ, eye amesiwo wowu la, ɖe ha. Eƒe aƒe enye tsiẽƒe ƒe mɔ geɖe, siwo ɖo la ku ƒe xɔgãwo me.

Lododowo 11:6

Nuteƒewɔlawo ƒe dzɔdzɔenyenye ɖea wo; ke ame mawɔnuteƒewo ŋutɔ ƒe dzodzro wotsɔna léa woa.

Lododowo 22:14

Gboloƒe nu laʋe goglo wònye; amesi Yehowa ƒe dɔmedzoe xe hã la, eyae gena ɖe eme.

Lododowo 23:27-28

Elabena nyɔnu ahasitɔ la, ʋe globo wònye, eye vudo xaxɛ nye gbolo. E, ede xa ɖi abe adzodala ene, eye wole ame dzegowo dzim ɖe dzi le amegbetɔwo dome.

Lododowo 29:3

Amesi lɔ̃a nyateƒe la, doa dzidzɔ na fofoa, ke amesi doa ka kple gbolowo la, gblẽa kesinɔnuwo dome.

Lododowo 30:20

Alea nye gbolɔ toƒe hã; eɖua nu tutua nu xalixali gblɔna be: Nyemewɔ nu baɖaa ɖeke o.

Nyagblɔla 7:26

Eye mekpɔ be, nusi vena wu ku, enye nyɔnu, si nye ɖɔ vena kaɖikaɖi wu ku ɖeɖe sɔŋ, ete dzi nye mɔ̃ka, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Amesi ƒe nu nyo Mawu ŋu la, sina le enu, ke eɖea nuvɔ̃wɔlawo.

Yesaya 1:21

Aleke du wɔnuteƒe, si me nya dzɔdzɔe no tu la, zu gbolo? Afisi dzɔdzɔenyenye na tsã la, hlɔ̃dolawo li fifia!

Yesaya 57:3

Mi nyɔnu dzosala ƒe viwo, mi ŋutsu ahasitɔ kple gbolo ƒe dzidzimeviwo, mite va!

Yeremya 3:1-3

Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea? Fɔ kɔ dzi ɖe to ƒeƒlewo ŋu, eye nakpɔ nu! Afikae womehede asi ŋuwò le o? Ede xa ɖe mɔ to na wo abe Arabiatɔwo le gbe dzi ene, eye nètsɔ wò ahasiwɔwɔ kple vɔ̃ɖiwɔwɔ do gu anyigba la. Woklo tsidzadza, eye keletsi hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo li na wò, eye ŋu gbe wò kpekpe.

Yeremya 3:6-8

Eye Yehowa gblɔ nam le fia Yosiya ŋɔli bena: Ekpɔ nusi Israel dzeaglã la wɔa? Eyi to kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo gɔme, eye wòwɔ ahasi le afima. Eye nyea mebu be, esi wòwɔ nusiawo katã megbe la, atrɔ ɖe ŋunye, gake metrɔ ɖe ŋunye o, eye nɔvianyɔnu Yuda dzego la kpɔe. Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.

Yeremya 3:20

Israel ƒe aƒe, Yehowa be: Alesi nyɔnu dzea go tsoa srɔ̃a gbɔ la, nenema miedze go tso gbɔnyee!

Yeremya 5:7-8

Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me. Wole asi yɔm le yiyimee abe sɔtsu ɖami ene, eye amesiame le gbe tem ɖe ehavi srɔ̃ ŋu.

Yeremya 7:9

Nuka? Miele fifim, le ame wum, le ahasi wɔm, le atam dzodzro kam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo mienya o tso,

Yeremya 13:27

Mekpe wò ahasiwɔwɔ, wò gbetete, wò amatrewɔwɔ vivivo kple wò ŋunyɔnuwɔwɔwo le togbɛwo dzi le gbegbe. Yerusalem, baba na wò! Ɣekaɣi gɔ̃ hafi ŋuwò nakɔ?

Yeremya 23:14

Ke mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã le nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene.

Yeremya 29:23

elabena wowɔ ŋukpenanu le Israel, be wowɔ ahasi kple wo haviwo srɔ̃wo, eye wogblɔ alakpanya, si nyemede wo si o la, le nye ŋkɔ me. Menyae, eye menye ɖasefo, Yehowa ye gblɔe!

Konyifahawo 5:11

Wogblẽ nyɔnuwo le Zion kple ɖetugbiwo le Yuda-duwo me.

Xezekiel 16:15-17

Ke eɖo dzi ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye esi wò ŋkɔ nya ŋuti la, ètsɔ wò gbolowɔwɔ do dzodzoe ɖe amesiame, si va tso me yi la ŋu wòzu etɔ. Etsɔ wò avɔwo dometɔa ɖewo wɔ nuxeƒe ŋɔŋɔewoe, eye nèwɔ gbolo le afima, nusi tɔgbe meva eme kpɔ o, eye mele eme va ge akpɔ o. Etsɔ nye sika kple nye klosalo ƒe atsyɔ̃nu, siwo metsɔ na wò la, wɔ ŋutsu ƒe nɔnɔmewo, eye nèwɔ gbolo kple wo.

Xezekiel 16:20-22

Elé wò ŋutsuvi kple wò nyɔnuvi, siwo nèdzi nam la, hewu na wo, be woaɖu. De wò gbolowɔwɔ mesɔ gbɔ o, hafi nègawu vinyeŋutsuwo hetɔ dzoea? Le wò ŋunyɔnuwo katã kple wò gbolowɔwɔwo me la mèɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi, esime nèɖe ama le ƒeƒle hele afɔti dam le wò ʋu me la o.

Xezekiel 16:25-29

èwɔ nuxeƒewo ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi, eye nedo ŋunyɔ wò tugbedzedze; èke ata na amesiwo katã va yina, eye nena wò gbolowɔwɔ sɔ gbɔ ɖe edzi. Ewo gbolo kple wò aƒelika Egipte-viwo, amesiwo ŋutsu lekpẽ li na, eye nena wò gbolowɔwɔ sɔ gbɔ ɖe edzi, ne natsɔ ado dziku nam. Kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye maka ɖe le wò gome ŋu, eye matso wò ade asi na wò futɔwo, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo ƒe nyanyrã, amesiwo wò ŋukpenanuwɔwɔwo le ŋu kpem na. Ewo gbolo kple Asur-viwo, le esi nu metia ko na wò o ta; ewo gbolo kpli wo, ke nu meti ko na wò o. Eye nègawɔ gbolo ɖe dzi kple Kaldea, si nye asitsalawo ƒe anyigba; ke eya hã meli ko na wò o.

Xezekiel 16:30-34

Aƒetɔ Yehowa be: Nu te wò dzi ŋu, esi nèwɔ nusiawo katã, abe alesi gbolo ŋukpenanuwɔla wona ene; esi nètu trɔ̃xɔwo ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi, eye nèwɔ nuxeƒewo ɖe ablowo katã me. Ke wòa mèle abe gbolo bubuwo ene, ne nahayi vlo ɖo ge gbolohoa ɖeke o. Nyɔnu ahasitɔ, si ɖe ŋutsu bubu ɖe srɔ̃a te, nènye! Gbolo bubuwo katã la, ɖe wonaa nu wo, ke wòa èna nu wò ahiãviwo katã; ɖe nèna nu wo, be woatso goawo katã me avawo amatre kpli wò. Towo to vovo le wò gbolowɔwɔ me tso nyɔnu bubuwo tɔ gbɔ, womedi ahiã wò o, eye wòa nèxe fe ɖe eta, evɔ wònye wòe woaxe fe na hafi; ale tɔwò to vovo sã.

Xezekiel 16:35-38

Eyata, wò gbolo, se Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi nètso wò gbolowɔwɔ kple wò ahiãviwo kpakple wò legba nyɔŋuawo katã, siwo nètso viwòwo ƒe ʋu na la, hewɔ be, wò ŋukpe gbagba ƒo ɖi, eye wò ama dze la, eyata maƒo wò ahiãviwo katã nu ƒu, esiwo ƒe nu dze ŋuwò kple esiwo katã nèlɔ̃na kpakple esiwo katã nèlé fui, maƒo wo nu ƒu ɖe ŋuwò tso goawo katã me, eye maɖe ama wò, ne woakpɔ wò ama blibo la. Madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe gbolowo kple nyɔnu hlɔ̃dolawo ƒe se nu, eye mahe dziku kple ŋuʋaʋã ƒe ʋu ava dziwò.

Xezekiel 16:41-43

Woata dzo wò xɔwo, eye woahe to na wò le nyɔnu geɖewo ŋku me; matsi wò gbolowɔwɔ nu, eye magaxe gboloho azɔ o. Mana nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò, be nye ŋuʋaʋã nadzo le ŋuwò, eye magbɔ ɖe eme, nyemagado dɔmedzoe azɔ o. Esi meɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi o, ke boŋ nètsɔ nusiawo katã do dziku nam ŋuti la, eyata kpɔ ɖa, mahe wò zɔzɔme ava wò ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe: Ɖe mèhewɔ ŋukpenanu sia kpe ɖe wò ŋunyɔnuwo katã ŋu o ɖe!

Xezekiel 22:9-11

Ame gɔmezɔlawo le mewò, ne woakɔ ʋu ɖi, woɖua nu le towo dzi le mewo, eye wowɔa ŋukpenanu le mewo. Woɖea ama fofo le mewo, eye woɖea asi nyɔnu, si kpo dzinu la ŋu le mewò. Amesiame wɔa ŋunyɔnu ɖe ehavi srɔ̃ ŋu, amesiame wɔa ŋukpenanu kple eƒe tɔyɔvinyɔnu hedoa gu eɖokui, eye amesiame dea asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa ƒe vinyɔnu la ŋu.

Xezekiel 23:1-21

Eye Yehowa ƒe gbe va nam be: Amevi, nyɔnu eve nɔ anyi, wonye dada ɖeka viwo. Wowɔ gbolo le Egipte, woƒe ɖetugbimee wowɔ gbolo le; afima wolé no na wo le, eye afima wofanya akɔnu na wo le. Woƒe ŋkɔwo nye: xoxoetɔ nye Ohola, eye nɔvianyɔnu nye Oholiba, wozu tɔnye, eye wodzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Woyɔ Ohola be Samaria, eye Oholiba be Yerusalem. Ohola wɔ ahasi le megbe nye, eye wòle kukum ɖe eƒe ahiã viwo dzi, woawo nye Asurtɔ siwo ƒe ŋkɔ nya; anyigbanunɔlawo kple amegãwo, siwo le aɖabɛ blɔtɔ me, ɖekakpuivi dzeɖekɛwo sɔŋ wonye, eye wole sɔ dzi. Ewɔ gbolo kple Asur-viwo ƒe ame tiatĩawo katã, eye wotsɔ woa kple amesiwo wɔ ahasi la ƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Ke meɖe asi le eƒe gbolowɔwɔ tso Egipte ŋu o, elabena woawoe de asi eŋu le eƒe ɖetugbime, wofanya eƒe akɔnu, eye wolɔ woƒe amatrewɔwɔwo trɔ ɖe edzi. Eyata metsɔe ɖe asi na eƒe ahiãvi, siwo nye Asur-viwo, amesiwo dzi wòle kukum ɖo. Woɖe amae, wokplɔ viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo dzoe, eye wowu eya ŋutɔ kple yi, ale be wòzu kpɔdzidze na nyɔnuwo, eye wohe to nɛ. Nɔvianyɔnu Oholiba kpɔe, ke le wɔ gbolo wòvloe wui, eye wòwɔ ahasi wu nɔvianyɔnu. Eku ɖe Asur-viwo dzi, anyigbanunɔlawo kple amegãwo, amesiwo ŋkɔ nya, eye woɖo atsyɔ̃, wole sɔ dzi, eye wonye ɖekakpuivi dzeɖekɛwo sɔŋ. Tete mekpɔ be, egblẽ kɔ ɖo na eɖokui, mɔ ɖeka dzi woa kple eve la wòto. Ke egawɔ gbolo ɖe edzi, ekpɔ ŋutsu, siwo wòta ɖe gli ŋu, Kaldeatɔwo ƒe nɔnɔme, si wotsɔ de tae, alidziblanu le ali na wo, eye tablanu le ta na wo hedzɔ ɖe anyi, wo katã ƒe nɔnɔme le abe aʋafiawo ene, eye woɖi Babel-viwo, amesiwo de nye Kaldea. Eye esi wòkpɔ woƒe ŋku me la, wo nu le dzi nɛ, eye wòdo ame ɖo ɖe wo le Kaldea. Tete Babel-viwo va egbɔ le edo ƒe, eye wotsɔ woƒe amatrewɔwɔwo gblẽ ko ɖo nɛ, eye wòtsɔ wo do gu eɖokui; emegbe la woƒe nu gblẽ le eƒe ŋku me. Eye esi eƒe gbolowɔwɔ dze go, eye eƒe ama dze la, eƒe nu ti kɔ nam, abe alesi nɔvianyɔnu ƒe nu ti kɔ nam ene. Egawɔ gbolo ɖe edzi, eye wòɖo ŋu eƒe ɖetugbimenɔɣi, esime wòwɔ gbolo le Egipte-nyigba dzi. Eye wole kukum ɖe eƒe ahiãviwo dzi, amesiwo ƒe ŋutsu le abe tedzi tɔ ene, eye woƒe tsi le abe sɔtsu tɔ ene. Eɖo ŋku wò ŋukpenanuwɔwɔ le wò ɖetugbime dzi, esime Egiptetɔwo fanya wò akɔnu, eye wòlé wò ɖetugbimeno.

Xezekiel 23:27-30

Matsi wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ tso Egipte-nyigba dzi nu, magafɔ mo te ɖe wo ŋu azɔ o, eye wò ŋku magadze Egipte dzi azɔ o. Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ wò ade asi na amesiwo nèle fui, eye matsɔ wò ade asi na amesiwo ƒe nu gblẽ le ŋkuwò me. Woawɔ nu kpli wò abe ketɔ ene, eye woalɔ wò nuwo katã adzoe ahagblẽ wò ɖi natsi ama kple ƒeƒle, ale be wò ahasiwɔwɔ ƒe ama, wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ natsi go. Nusiawo ava dziwò, le esi nèwɔ gbolo kple dukɔwo, eye nètsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò ta.

Xezekiel 23:35-39

Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi neŋlɔm be, eye netsɔm ƒu gbe ɖe megbewò la, eyata wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ anɔ dziwò. Eye Yehowa gblɔ nam bena: Amevi, ɖe nèbe, yeadrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba? Ekema ɖe woƒe ŋunyɔnuwo fia wo. Elabena wowɔ ahasi, eye ʋu le asi ŋu na wo, wotsɔ woƒe legbawo wɔ ahasii, eye wotsɔ wo vi, siwo wodzi nam la, to dzo me, ne woanye nuɖuɖu na wo. Nusi wogawɔ ɖe ŋunye la, enye si: Wodo gu nye kɔkɔeƒe la gbemagbe, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Ne wowu wo viwo na legbawo la, wovaa nye kɔkɔeƒe la gbemagbe ke, ne woagblẽ ko ɖo nɛ; alea wowɔ le nye xɔ me.

Xezekiel 23:40-45

Woɖo ame ɖe ŋutsuwo le didiƒe, be woava, eye esi wodɔ ame ɖe wo wova la, èle tsi, eɖo tù ɖe ŋku, eye newɔ leke, èbɔbɔ nɔ ada nyuia ɖe dzi, si ŋgɔ woɖo kplɔ̃ ɖo, eye nètso nye dzudzɔdonu kple nye ami da ɖe edzi. Wole ɣli dom hoo le afima, eye woyɔ Salbatɔwo tso gbe dzi kpe ɖe ame gbogboawo ŋu, amesiwo tso alɔnuga de alɔnu na wo, eye woɖo fiakuku nyui ɖe la na wo. Eye megblɔ be: Ɖe nyɔnu léayi aganɔ gbolo wɔma? Ɖe woaganɔ ahasi wɔm kpliia? Wova egbɔ, abe alesi wovaa gbolo gbɔe ene; alea wova Ohola kple Oholiba, siwo nye nyɔnu wo ŋukpenanuwo la gbɔe. Ŋutsu dzɔdzɔewo adrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe gbolowo kple nyɔnu dohlɔ̃wo ƒe se nu; elabena gbolowo wonye, eye ʋu le asi ŋu na wo.

Xezekiel 23:48-49

Matsi ŋukpenanuwɔwɔ nu le anyigba dzi, eye anye nuxlɔ̃me na nyɔnuwo katã, ne womagawɔ ŋukpenanu abe woawo ene o. Woahe miaƒe ŋukpenanuwɔwɔ ava mia dzi, eye nuvɔ̃, siwo miewɔ to miaƒe legbawo dzi la, anɔ mia dzi, ne miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.

Hosea 1:2

Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!

Hosea 2:2-5

Mihe nye kple mia dada, mihe nya kplii; elabena menye srɔ̃nye wonye o, eye menye srɔ̃aŋutsua menye o. Miɖe eƒe gbolowɔwɔ le mo nɛ, eye eƒe ahasiwɔwɔ nage le akɔta nɛ, ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbesigbe wòdzii ene, mana wòasɔ kple gbegbe, wòaɖi kuɖinyigba, eye mana tsikɔ nawui wòaku o. Nyemakpɔ nublanui na viawo o, elabena ahasiviwo wonye. Elabena wo dada wɔ ahasi, eye wo nɔ wɔ ŋukpenanu; elabena egblɔhe: Madze nye ahiãviwo yome, woawoe tsɔa abolo kple tsi, ɖetifu kple anazi, ami kple nunono nam.

Hosea 4:2

Wole atam dzodzro kam, eye wole alakpa dam, wole ame wum, wole fi fim, eye wole ahasi wɔm, wole kpɔ dzem, eye hlɔ̃dodo tsiã ɖe wo nɔewo nu.

Hosea 4:12-14

Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome. Wosa vɔ le towo la me, eye wodo dzudzɔ le togbɛwo dzi, le fɔfɔliwo, sesewuwo kple logowo le, le esi woƒe vɔvɔli nyo ta; eyata miaƒe nyɔnuviwo awɔ gbolo, eye miaƒe tovɔvinyɔnuwo awɔ ahasi. Nyemahe to na miaƒe nyɔnuviwo le esi wole gbolo wɔm ta o, eye nyemahe to na miaƒe toyɔvinyɔnuwo le esi wole ahasi wɔm ta o; elabena woawo ŋutɔwo kplɔ ahasitɔwo de kpɔe, eye wosa vɔ kple gbolowo, ale be dukɔ manyanu la dze anyi.

Hosea 5:3-4

Menya Efrayim, eye Israel meɣla ɖem o; Efrayim, azɔ èwɔ ahasi, eye Israel, ègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò. Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o.

Hosea 9:1

Israel, megakpɔ dzidzɔ o, megatso aseye abe ɖukɔwo ene o! Elabena èwɔ gbolo, ètrɔ ʋu le wò Mawu yome, eye nelɔ̃ gbolonunana le lugbɔƒewo katã.

Yoel 3:3

Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi, wotsɔ ŋutsuvi ɖɔ li gboloe, eye wotsɔ nyɔnuvi dze wein heno.

Naxum 3:4

Le gbolo ƒe ahaslwɔwó vivivo kple dzotɔ dzetugbee nyo la, amesi tso eƒe gholowɔwɔ ƒle dukɔwoe, eye wòtsɔ eƒe dzosasa ƒle ƒomewoe ta la,

Maleaxi 2:14-16

Eye ne miegblɔ be, nuka me hã la, le esi Yehowa nye ɖasefo na mia kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si ŋu nèto vo ɖo la tae, evɔ wònye wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nẽhla nu kplii la, wònye hafi. Ɖe menye ame ɖekae wɔ mi, eye wole míaƒe agbe ɖe le oa? Nuka dim ame ɖeka la le? Mawu ƒe ƒome dim wole. Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o. Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!

Maleaxi 3:5

Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Mateo 5:27-28

Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.

Mateo 5:32

ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eva menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le la, ewɔ ahasi.

Mateo 15:19

Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.

Mateo 19:9

Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi.

Mateo 26:41

Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.

Marko 7:21-23

Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ; nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tsoa eme ke, eye woƒoa ɖi ame.

Marko 10:11-12

Eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke aɖe asi le srɔ̃a ŋuti, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi ɖe eyama ŋuti; eye ne nyanu agbe srɔ̃a, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi.

Marko 10:19

Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.

Luka 16:18

Amesiame, si aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi; eye amesi aɖe esi ŋu ŋutsua ɖe ɖe asi le la, ewo ahasi.

Luka 18:20

Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò.

Yohanes 8:3-11

Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo kplɔ nyɔnua ɖe, si wolé le ahasiwɔwɔ me la, va egbɔ, eye wotsɔe ɖo titina hegblɔ ne bena: Nufiala, wolé nyɔnu sia le ahasiwɔwɔ me ke. Eye Mose de se na mi le se la me bena, woaƒu kpe amesia tɔgbe: azɔ wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã? Ke wogblɔ esia hele etem kpɔ, bena yewoakpɔ nyaa ɖe atso enu. Eye Yesu do dɔgɔ̃e, eye wòtsɔ asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba. Eye esi wogale ebiabia dzi la, efɔ kɔ te, eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke nuvɔ̃ mele eŋuti le mia dome o la, netre kpe la fɔfɔ ƒui. Eye wògado dɔgɔ̃e hetsɔ eƒe asibide ŋlɔ nu ɖe anyigba. Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina. Eye esi Yesu fɔ kɔ te, eye mekpɔ amea ɖeke o negbe nyɔnua ko la, egblɔ nɛ bena: Nyɔnu, afika amesiwo le nuwò tsom la le? Ɖe amea ɖeke mebu fɔ wò o mahã? Eye wògblɔ bena: Amea ɖeke o, Aƒetɔ. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi, eye tso esia dzi la megawɔ nuvɔ̃ o.

Dɔwɔwɔwo 15:20

ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.

Dɔwɔwɔwo 15:29

bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!

Dɔwɔwɔwo 21:25

Ke trɔ̃subɔla, siwo xɔ se la, ŋutie mieŋlɔ, eye mieɖo le bena, woatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋume kpakple ahasiwɔwɔ.

Romatɔwo 1:24-27

Eyata le woƒe dziwo ƒe nudzodzrowo me la Mawu tsɔ wo de asi na makɔmakɔnyenye, bene woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo le wo nɔewo dome; amesiwo tso Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsokaka, eye wovɔ̃, eye wosubɔ nuwɔwɔ wu wɔla, si wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen. Eyaŋuti Mawu tsɔ wo de asi na ahɔhlɔ̃bɔbɔ yomenɔnɔ; elabena woƒe nyɔnuwo tsɔ dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o; nenema ke woƒe ŋutsuwo hã gblẽ nyɔnuwo ƒe dzɔdzɔmekɔnu ɖi, eye wofiã le woƒe fiẽŋufiẽŋui me ɖe wo nɔewo ŋu, eye ŋutsu kple ŋutsu wɔ ŋukpenanuwo, eye wokpɔ woƒe vodada ŋuti fetu, si dze wo la, le wo ɖokui ŋu.

Romatɔwo 1:28-29

Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o; amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa;

Romatɔwo 1:32

amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.

Romatɔwo 6:12-13

Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o. Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ?

Romatɔwo 6:19

Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.

Romatɔwo 7:3-5

Eyata azɔ, ne ezu ame bubu srɔ̃, esime srɔ̃ŋutsua gale agbe la, woayɔe be ahasiwɔla; gake ne srɔ̃ŋutsua ku la, evo tso se la me, eye ne ezu ame bubu srɔ̃ la, meganye ahasiwɔla o. Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu. Elabena esime míele ŋutilã me la, nuvɔ̃wo ƒe nudzodzro wuamenu, siwo dzo tso sea me la, sẽ ŋu ŋutɔ le míaƒe ŋutinuwo me, bene míatse ku na ku;

Romatɔwo 7:23

ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.

Romatɔwo 8:1-8

Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si. Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me, bene woawu sea ƒe dzɔdzɔenyenye la nu le mí, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me. Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina. Elabena ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa; eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o. Ke amesiwo noa anyi le ŋutilã me la, womate ŋu adze Mawu ŋu o.

Romatɔwo 8:12-13

Eyata azɔ nɔviwò, fenyilawo míenye, menye ŋutilã si mienyi fe le, bene míanɔ agbe le ŋutilã nu o; elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe.

Romatɔwo 12:1

Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.

Romatɔwo 13:9

Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“

Romatɔwo 13:13-14

Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasi wɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o; hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.

Korintotɔwo I 5:1

Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, amea ɖe xɔ fofoa srɔ̃.

Korintotɔwo I 5:9-13

Meŋlɔe na mi le agbalẽ la me bena, migaɖe ha kple ahasiwɔlawo o. Ke menye xexe sia me ahasiwɔlawo alo ŋubiãlawo alo adzodalawo alo trɔ̃subɔlawo mewɔnɛ kura o, anye ne ɖeko miadzo le xexeame. Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o. Elabena nya kae le mia kple amesiwo le egodo la dome bena, madrɔ̃ ʋɔnu wo mahã? Alo miawo la, ɖe miedra ʋɔnu amesiwo le eme la gã oa? Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!

Korintotɔwo I 6:9-11

Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.

Korintotɔwo I 6:13

Nuɖuɖu li na ƒodo, eye ƒodo hã li na nuɖuɖu; gake Mawu aɖe esia kple ekeme siaa ɖa. Ke ŋutilã meli na ahasiwɔwɔ o, hafi Aƒetɔ la tɔe, eye Aƒetɔ la hã ŋutilã tɔe boŋ.

Korintotɔwo I 6:15-18

Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilãwo la Kristo ƒe ŋutinuwo wonye o mahã? Aleke lawɔ matsɔ Kristo ƒe ŋutinuwo awɔ ahasiwɔla ƒe ŋutinuwo mahã? Gbeɖe! Alo ɖe mienyae bena, amesi tsɔ eɖokui lé ɖe ahasiwɔla ŋuti la, eya kplii enye ŋutilã ɖeka oa? Elabena wogblɔ bena: „Wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka.“ Ke amesi tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋuti la, eya kplii enye gbɔgbɔ ɖeka. Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.

Korintotɔwo I 7:1-5

Nusi ŋuti mieŋlɔ nya nam le la, mebe: Enyo na ame bena, wòagade asi nyanu ŋu o. Ke le ahasiwɔwɔwo ŋuti la nyanu nane ŋutsu sia ŋutsu si, eye ŋutsu nanɔ nyɔnu sia nyɔnu si. Ŋutsu nawɔ nusi dzɔ la, na srɔ̃a, eye nyɔnu hã nawɔ na srɔ̃a nenema ke. Nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe srɔ̃ŋutsu la ko; ke nenema ke ŋutsu hã mekpe ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe nyɔnu la ko. Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.

Korintotɔwo I 7:9

Ke ne womate ŋu aɖu wo ɖokui dzi o la, woaɖe srɔ̃, elabena srɔ̃ɖeɖe nyo wu fieŋufieŋu.

Korintotɔwo I 7:36

Ke ne amea ɖe susu be, yemawɔ nyuie ɖe yeƒe ɖetugbi ŋuti o, nenye be, ele srɔ̃ɖeɖe me tom, eye ne ele vevie azɔ be, wòaɖe srɔ̃ la, ekema nusi dim wòle la, newɔe: mewɔ nuvɔ̃ o, nena wòaɖe srɔ̃.

Korintotɔwo I 10:8

Migana miawo ahasi, abe alesi wo dome amea ɖewo wo ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsra le ŋkeke ɖeka dzi ene la o.

Korintotɔwo I 10:12-13

Eyata amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o. Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.

Korintotɔwo 5:10

Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.

Korintotɔwo 7:1

Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.

Korintotɔwo 12:21

bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.

Galatiatɔwo 5:16-21

Ke mele egblɔm be: Miza le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wo ge o. Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o. Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale sea te o. Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.

Galatiatɔwo 5:24

Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu.

Galatiatɔwo 6:7-8

Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me.

Efesotɔwo 2:3

amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. —

Efesotɔwo 4:19

amesiwo, esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woano makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.

Efesotɔwo 5:3-5

Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple ŋukpeanu kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o, negbe akpedada boŋ. Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.

Kolosetɔwo 3:5

Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;

Tesalonikatɔwo I 4:3-5

Elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawo mia ɖokui kɔkɔe, eye miade mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi woade ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me; menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o;

Tesalonikatɔwo I 4:7-8

Elabena Mawu meyɔ mí na makɔmakɔnyenye o, ke boŋ na kɔkɔewɔwɔ. Eyaŋuti amesi ke doa vlo esia la, menye amee wòdoa vloe o, ke boŋ Mawu, amesi na eƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe mí lae wòdoa vloe.

Timoteo I 1:9-10

eye míenya esia bena, womena se ame dzɔdzɔe o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo kple ame mavɔ̃mawuwo, kple nuvɔ̃wɔlawo kple ame makɔmakɔwo kple ahɔhlɔ̃bɔlawo kple tɔwulawo kple nɔwulawo kple amewulawo kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti

Timoteo II 2:22

Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.

Timoteo II 3:2-6

Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ! Elabena amesiawo dome amea ɖewo li, siwo gena ɖe aƒewo me dzaa, eye woɖea aboyo nyɔnu abunetɔ, siwo yɔ fũ kple nuvɔ̃wɔwɔ, eye nudzodzro bubu ƒomevi geɖewo kplɔa wo yinɛ,

Tito 2:12

eye wòɖea mí, bena míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexeame nudzodzrowo, eye míano anyi le ɖokuidziɖuɖu kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpakple mawusosroɖa me le xexe sia me,

Hebritɔwo 12:16

bena amea ɖeke maganye ahasiwɔla alo ahɔhlɔ̃bɔla abe Esau, amesi tsɔ ye ŋutɔ ƒe ŋgɔgbedzidzi ƒle le nuɖuɖu zi ɖeka ta la ene o.

Hebritɔwo 13:4

Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.

Yakobo 1:12-15

Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la. Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea amea ɖeke kpɔna o. Ke wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.

Yakobo 4:3-4

Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me. Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.

Petro I 1:14

eye abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o,

Petro I 2:11

Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,

Petro I 4:1-3

Azɔ esi Kristo kpe fu ɖe mia ta le ŋutilã me ŋuti la, miawo hã mikpla tamesusu ma ke abe aʋawɔnuwo ene; elabena amesi kpe fu le ŋutilã me la, edzudzɔ nuvɔ̃wɔwɔ, bena miaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo le ɣeyiɣi, si susɔ be, mianɔ agbe le ŋutilã me la me o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;

Petro II 2:4-10

Elabena ne Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃; eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi; eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me; eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; — elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome, eye wòkpɔ, eye wòse woƒe dɔwɔwɔ, siwo mele sea nu o la, ewɔa fu eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la gbesiagbe; — ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo; ke vevietɔ amesiwo zɔna le ŋutilã nu le makɔmakɔnyenye ƒe nudzodzro la me, eye wodoa vlo aƒetɔnyenye la. Ame mabunuwo, ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo medzona nyanyanya, ne wogblɔ busunya ɖe ŋutikɔkɔewo ŋuti la o,

Petro II 2:14

ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.

Petro II 2:18

Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ.

Petro II 3:3

Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu,

Yohanes I 2:16-17

Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.

Yuda 1:4

Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.

Yuda 1:6-8

Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la: Nenema ke drɔ̃ekula siawo hã ƒoa ɖi ŋutilã, eye woɖoa vlo aƒetɔnyenyewo, eye wogblɔa busunya ɖe ŋutikɔewo ŋuti.

Nyaɖeɖefia 2:14

Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.

Nyaɖeɖefia 2:20-22

Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo. Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o. Kpɔ ɖa, matsɔe aƒu aba dzi, eye amesiwo wɔ ahasi kpakplii la, ne wometrɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me o la, matsɔ wo aƒu xaxa gãa ɖe me?

Nyaɖeɖefia 9:21

Eye wometrɔ tso woƒe hlɔ̃dodowo kple woƒe afakakawo kple woƒe ahasiwɔwɔwo kpakple woƒe fififiwo me o.

Nyaɖeɖefia 14:8

Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.

Nyaɖeɖefia 17:1-2

Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka ƒo nu kplim gblɔ bena: Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ na tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò; amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,

Nyaɖeɖefia 18:3

Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.

Nyaɖeɖefia 18:9

Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ.

Nyaɖeɖefia 19:2

elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.

Nyaɖeɖefia 21:8

Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net