24 – Ƒome
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Ƒome.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Ƒome.
Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.
”„Eyata ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la katã woanye ŋutilã ɖeka. Nya ɣaɣla sia lolo, ke nye la mele egblɔm le Kristo kple hame la ŋuti. Ke miawo hã mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyanu la nasi srɔ̃a ɖa.
”Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. „Bu fofowò kple dawo,“ — esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la — „bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“ Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke miayi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.
”Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!
”Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ. Tete Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔ wo va amea gbɔe, be yeakpɔ alesi wòayɔ woe; eye alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ. Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kpakple gbemelãwo katã; ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ nɛ o.
”Eye Yehowa Mawu na ame dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye wòɖe eƒe agbaƒutiwo dometɔ ɖeka, eye wotsɔ lã ɖo eteƒe. Tete Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti, si wòɖe le amea me la, wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe. Eye ame la gblɔ be: Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.
”Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka. Eye wo kpakple eve la wole ƒeƒle, ame la kple srɔ̃a, eye ŋu mekpea wo o.
”Ame la ɖo ŋu bena: Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu. Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui.
”Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ. Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò. Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me.
”Eye ame la tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a bena Xawa, elabena eya ava nye ame gbagbewo katã dada.
”Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu. Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela. Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenua ɖewo wɔ vɔsae na Yehowa. Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu; ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o. Eye Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã. Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Nukaŋuti nèle dzi bim, eye nukaŋuti nèle adã ɖom? Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi! Esia megbe la Kain gadɔ nu kple nɔvia Habel. Ke eva ve me bena, esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui. Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Afika noviwò Habel le? Eye wòɖo ŋu nɛ be: Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea? Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka enye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la ƒe gbe le ɖiɖim tso anyigba dzi mese! Azã la woaƒo fi ade wò, adzo le anyigba, si ke eƒe nu xɔ nɔviwò ƒe ʋu le asiwò no la dzi.
”Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. Ewɔ wo wonye ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo: eye wòna ŋkɔ wo bena „ame“ le gbesigbe wòwɔ wo.
”Eye esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ la, edzi ŋutsuvia ɖe, si ɖii, eye wòyɔe bena Set. Esi Adam dzi Set megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. Eye Adam ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaetɔ̃, eye woku.
”Ke esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wodzi nyɔnuwo la,
”Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.
”Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!
”Eye Yehowa gblɔ na Abram bena: Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi! Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra. Mayra amesiwo yra wò, ke amesiwo doa vlo wò la, maƒo fi ade wo, eye le wò me woayra anyigba dzi meawo katã le.
”Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò, eye nazu dukɔ geɖewo fofo. Eyata womagayɔ wò bena Abram akpɔ o, ke boŋ Abraham anye wò ŋkɔ. Elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe. Eye mana nadzi ɖe dzi ŋutɔ, eye dukɔwo kple fiawo adzɔ tso mewo. Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.
”Eye Mawu gagblɔ na Abraham bena: Megayɔ srɔ̃wò Sarai bena Sarai azɔ o, ke boŋ Sara anye eƒe ŋkɔ. Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi hã na wò. Mayrae ale bena, wòava nye dukɔwo kple dukɔwo dziɖulawo dada. Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?
”Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.
”Ke Yehowa ɖo ŋku ŋugbe, si wòɖo na Sara la dzi, eye Yehowa wɔ na Sara, abe alesi wògblɔ ene. Ale Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi. Eye Abraham yɔ ŋutsuvi, si Sara dzi nɛ la ƒe ŋkɔ bena Isak.
”Eye Isak kplɔe yi ɖe dada Sara ƒe agbadɔ me, eye wòɖe Rebeka wòzu srɔ̃a, eye wòlɔnɛ ŋutɔ. Ale Isak ƒe ake fa le dada ƒe ku ŋuti.
”Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye nakeke ta ɖe ɣetoɖoƒe, ɣedzeƒe, anyiehe kple dziehe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã. Ne mia kple wò dzidzimeviwo me.
”Eye Yakob lɔ̃a Raxel, eyata wògblɔ bena: Masubɔ wò ƒe adre le Raxel, wò nyɔnuvi ɖevitɔ la ta. Laban gblɔ bena: Enyo be, màtsɔe na wò, wu esi màtsɔe na ŋutsu bubu; nɔ gbɔnye! Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Raxel ta, eye wòle nɛ abe ŋkekea ɖewo ko ene, le alesi gbegbe wòlɔ̃ne la ta.
”Ke esi Raxel kpɔ bena, yemedzi via ɖeke na Yakob o la, Raxel ʋã ŋu nɔvianyɔnu la, eye wògblɔ na Yakob bena: Na madzi vi; ne menye nenem o la, maku! Tete Yakob do dɔmedzoe ɖe Raxel ŋuti gblɔ bena: Alo Mawu ye menye, amesi xe wò vidzidɔa?
”Eye Yehowa gblɔ na Yakob bena: Trɔ yi fofowò ƒe anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye manɔ anyi kpli wò!
”Tete Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple amesiwo katã le egbɔ la, bena: Miɖe dzromawu, siwo le mia dome la da, miklɔ mia ɖokui ŋuti, eye miɖɔ li miaƒe awuwo,
”Ke Yosef megate ŋu zi eɖokui dzi, abe alesi wòwɔ vaseɖe fifi, esime amewo le egbɔ la ene o; eye wògblɔ bena: Amesiame nado go le gbɔnye! Eye amea ɖeke menɔ Yosef gbɔ, hafi wòɖe eɖokui fia nɔviawo o. Tete wògbã avi doo, ale bena Egiptetɔwo kple Farao-ƒemetɔwo hã see. Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye enye Yosef! Fofonye gale agbea? Ke nɔviawo lulu le eƒe ŋku me, eye womete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.
”Yosef na woɖo eƒe tasiaɖam ɖo, eye wòɖoe yi fofoa Israel kpe ge le Gosen. Esi wòkpɔe la, ekpla asi kɔ ne, eye wòfa avi ɖe eƒe ko dzi ʋuu.
”Eye Yosef fia nɔƒe fofoa kple nɔviawo, eye wòna anyigba wo le Egipte le Ramses, afisi anyigba nyuitɔ le, abe alesi Farao de se nɛ ene. Eye Yosef tsɔ nuɖuɖu kpɔ fofoa, nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã dzi, amesiame kple evia.
”Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;
”Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.
”Amesi ke aƒo fofoa alo dada la, woawui.
”Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o.
”amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.
”eye naɖe woƒe vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo; eye ne woƒe vinyɔnuwo le woƒe mawunuwo wɔm la, ekema woana be, viwòŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuwo.
”Amesiame nayɔ dada kple fofoa, eye miaɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!
”Megalé nɔviwò ɖe do me o, ke boŋ gbe nya nɛ, ne magana nahe nuvɔ̃ ava ɖokuiwò dzi o.
”Ne amea ɖe ƒo fi de fofoa alo dada la, woawui, elabena fofoa alo dadae wòƒo fi de; eya ŋutɔe ɖe hlɔ̃fe.
”Womekpɔ mɔ aɖe gbolo, nyɔnu, si gblẽ, alo nyɔnu, si srɔ̃ gbe o; elabena ame kɔkɔewo wonye na woƒe Mawu.
”Ɖetugbi atiati wòaɖe. Mekpɔ mɔ aɖe ahosi alo nyɔnu, si gbe atsu, nyɔnu, si gblẽ, alo gbolo o: ke boŋ ɖetugbi wòaɖe tso eƒe dukɔ me viwo dome;
”Esia nye se le anukluiwɔwɔ ŋu. Ne nyɔnua ɖe ɖa ƒu ɖe srɔ̃a ŋu, eye wogblẽ kɔ ɖo, alo ŋuʋaʋã ɖo ŋutsua ɖe me, eye wòɖe asi anukluiwɔwɔ me le srɔ̃a ŋu la, ekema wòakplɔ nyɔnu la ava Yehowa ŋku me, eye nunɔla nawɔ nɛ alea de se sia nu. Eye fɔɖiɖi manɔ ŋutsu la dzi o, ke boŋ fɔɖiɖi la atsi nyɔnua ŋutɔ dzi.
”Zelofxad-vinyɔnuawo gblɔe ɖe teƒe; eyata na domenyinu wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, eye nana wo fofo ƒe, domenyinu nayi ɖe wo si me. Eye nagblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsua ɖe ku, eye viŋutsu mele esi o la, ekema eƒe domenyinu nayi ɖe vianyɔnu si me. Ke ne vinyɔnua ɖeke mele esi o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na nɔviaŋutsuwo. Ne nɔviŋutsua ɖeke mele esi o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na fofoa nɔviŋutsuwo. Ke ne nɔviŋutsua ɖeke mele fofoa si o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na eƒe ƒometɔ kekeake, amesi te ɖe eŋu le eƒe ƒome la me, eya nanyi doame. Wòanye se kple ɖoɖo na Israel-viwo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.
”Ale Yehowa de se le Zelofxad vinyɔnuwo ŋu enye si: Amesi ke ŋu wodze la, kpɔ mɔ aɖe wo; gake ele be, woaɖe srɔ̃ ɖe wo fofo ƒe to la me, bena ne Israel-viwo ƒe anyigba magatso to ɖeka si ayi ɖe to bubu si me o, boŋ Israel-viwo dome ɖesiaɖe nalé fofoa ƒe to la ƒe anyigba ɖe asi. Eye nyɔnu, siwo katã xɔ anyigba ɖe Israel-viwo ƒe toawo me la, naɖe srɔ̃ ɖe wo fofowo ƒe to la me, bena Israel-viwo dome ɖesiaɖe nanyi fofoa ƒe anyigba dome. Eye anyigba matso to ɖeka si ayi ɖe to bubu si me o, boŋ Israel-viwo ƒe toawo dome ɖesiaɖe nalé eƒe anyigba ɖe asi.
”Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo. Eye megaŋlɔ gbesigbe netsi tre ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le Xoreb gbɔ la be o, esime Yehowa gblɔ nam be: Ƒo dukɔ la nu ƒu nam, bena wòase nye nyawo, ne wòanya, alesi woavɔ̃m, ŋkeke alesi wole agbe le anyigba dzi, eye woafia wo wo viwo.
”Bu fofowò kple dawo, abe alesi Yehowa, wò Mawu, ɖe se na wò ene, bena nanɔ agbe didie, eye wòanyo na wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.
”Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.
”Megado ƒome kpli wo, ne natsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o; elabena woana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatsrɔ̃ mi amloamlo.
”amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae.
”Mifia wo mia viwo, eye miƒo nu le wo ŋu, ne miebɔbɔ no miaƒe aƒewo me, alo miele mɔ dzi, ne miemlɔ anyi, alo miefɔ,
”Lé nya, siwo katã megblɔ na wò la me ɖe asi, eye naɖo to wo, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo tegbee, le esi nèwɔ nusi nyo, eye wòdza le Yehowa, wò Mawu, ŋku me ta.
”eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewito kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me la, miakpɔ dzidzɔ le wò ŋkekenyuie la dzi.
”Fia nagaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatre mɔ o, eye klosalo kple sika geɖe akpa hã meganɔ esi o.
”Ne ŋutsua ɖe bia nyɔnu ta, eye mekpɔ ɖee haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naɖee o.
”Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnu eve, eye wòlɔ ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, eye esi wòlɔ̃na kple esi melɔ̃na o la siaa dzi viwo nɛ, gake esi melɔ̃na o la tɔ nye eƒe ŋgɔgbeviŋutsu, eye azã su wòle domenyinu mã ge na viawo la, ekema mekpɔ mɔ atsɔ esi wòlɔ̃na ƒe viŋutsu awɔ ŋgɔgbevi ɖe esi melɔ̃na o ƒe viŋutsu teƒe o; ke boŋ wòabu esi melɔ̃na o la ƒe viŋutsu ŋgɔgbevii, eye wòana nusiwo katã le esi lae zi gbɔ zi eve awu; elabena eyae nye eƒe ali me vi gbãtɔ, eye etɔe nye domenyinu la.
”Ne ŋutsuvi dzeaglã, sẽtoa ɖe le amea ɖe si, eye meɖoa to fofoa kple dada ƒe gbe o, eye wohe to nɛ, gake mesee o la, ekema fofoa kple dada nalée ayi du me ame tsitsiawo gbɔ, eye woakplɔe ayi du la ƒe ʋɔnu. Eye woagblɔ na du me ame tsitsiawo bena: Mia viŋutsu sia enye ame dzeaglã kple tosẽla, meɖoa to miaƒe gbe o, eye wònye ame baɖa kple ahamũla. Emegbe dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme, eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃.
”Ne amea ɖe ɖe srɔ̃, eye wòdo egbɔ, emegbe wòlé fui, eye wògblɔ ŋukpenanyawo ɖe eŋu hegblẽ eƒe ŋkɔ gblɔ bena: Esi meɖe nyɔnu sia, eye medɔ egbɔ, nyemekpɔe aƒe o la, ekema nyɔnuvia fofo kple ɖada natsɔ avɔ la ava dumegãwo ŋku me le ʋɔnu. Eye nyɔnuvia fofo nagblɔ na ame tsitsiawo bena: Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia wòɖe, ke eva lé fui, eye wògblɔ ŋukpenanyawo ɖe eŋu gblɔ bena: Nyemekpɔ viwònyɔnu la aƒe o; evɔ wònye vinyenyɔnu ƒe avɔ enye si hafi. Eye woakeke avɔ la ɖe dumegãwo ŋku me. Ekema dumegãwo nalé ŋutsu la aƒo. Eyome wòaxe klosalo alafa ɖeka na nyɔnuvia fofo, le esi wogblẽ Israel-ɖetugbi ŋkɔ ta; emegbe woatsɔe nɛ wòanye srɔ̃, eye maɖe asi le eŋu le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o. Ke nenye nyateƒee be, womekpɔ nyɔnuvi la aƒe o la, ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme. Ne wòlé ŋutsu, si de asi nyɔnu srɔ̃tɔa ɖe ŋu la, ekema woawu ŋutsu, si de asi nyɔnua ŋu kpakple nyɔnu la siaa. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le Israel!
”Ahasivia ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o; kekeke eƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.
”Ne amea ɖe ɖe nyɔnu wòzu srɔ̃, emegbe eƒe nu meganyo eŋu o, le esi wòwɔ ŋukpenanu ta, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me; eye wòʋu le eƒe me ɖade ŋutsu bubu, eye ŋutsu sia hã lé fui, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me, alo ŋutsu sia, amesi xɔe ɖe, ku la, ekema ŋutsu gbãtɔ, si nyae la, mekpɔ mɔ agaɖee woazu srɔ̃ o, elabena wodo ŋunyɔe. Ŋunyɔnu wònye le Yehowa ŋku me, eyata megahe vɔ̃ va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi o.
”Ne amea ɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, ekema megayi aʋa o, eye womaɖe dɔa ɖeke asi nɛ o, ke boŋ wòanɔ eɖokui si le eƒe me ƒe ɖeka, eye wòado dzidzɔ na srɔ̃, si wòɖe la.
”Amesi do vlo fofoa kple dada la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!
”Amesi te amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo ƒe nya ɖe to la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!
”Nusi ɣla enye Yehowa, mía Mawu tɔ, ke nusi le gaglãgbe enye mía kple mia viwo to tegbee, be miawo se sia ƒe nyawo katã dzi.
”Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro, siwo le wò duwo me la nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi. Eye wo vi, siwo mele naneke nyam haɖe o la, nasee, ne wòanya, alesi woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, ŋkeke alesi miele agbe le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.
”Eyata azɔ mita Yehowa nam, eye alesi meve mía nui la,; nenema ke miawo hã miave nye ƒome nui, eye mina dzesim ɖe dzi, be miana fofonye kple danye, nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo kpakple woƒe ƒometɔwo katã natsi agbe, eye miaxɔ mí ɖe agbe.
”Eyata miva etsɔ ŋdi tototo, eye to, si Yehowa alé la, nate va ƒomeƒome, eye ƒome, si Yehowa alé la, nate va aƒeaƒe, eye aƒe, si Yehowa alé la, nate va ŋutsu ɖekaɖeka.
”Ke ne mietrɔ heku ɖe dukɔ, siwo kpɔtɔ ɖe mia gbɔ la ŋu, eye mieɖo ƒome kpli wo, mieyi wo dome, eye woawo hã va mia dome la, ekema minyae bena, Yehowa, mia Mawu la, maganyã dukɔ siawo ɖa le mia ŋgɔ akpɔ o, eye woatrɔ zu adoboli kple mɔ na mi, woanye atam anɔ miaƒe axada me, eye woanye gu anɔ ŋku dzi na mi, vaseɖe esime miatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ le anyigba nyui, si Yehowa, mia Mawu, na mi la dzi.
”Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!
”Eye Israel-viwo dome amesiame dzo ɣemaɣi tso afima yi eƒe to me kple eƒe ƒomeawo gbɔ, eye amesiame dzo tso afima yi eƒe anyigba dzi.
”Ke Rut gblɔ bena: Megaƒoe ɖe nunye be, magblẽ wò ɖi agbugbɔ le yowòme o! Ke boŋ afisi nayi la, afima mayi; afisi natsi la, afima matsi; wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu;
”Eye mexɔ Moab-nyɔnu Rut, Maxlon srɔ̃, hã wòzu srɔ̃nye, be ame kuku la ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu, ne ame kuku la ŋkɔ magatsrɔ̃ le noviawo kple wo dedu me o! Miawoe nye ɖasefowo egbe!
”Tete srɔ̃a Elkana gblɔ nɛ bena: Xana, nuka le wowòm nele avi fam, eye nukaŋuti nègbe nuɖuɖu, eye wò dzi le nu xam? Ɖe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa?
”Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!
”Ɖevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam. Eyata mekplɔe ve na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena Yehowa si me wobiae le. Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa le afima.
”Ke Eli viŋutsuwo nye ame vlowo, eye wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya
”Ke Samuel subɔna le Yehowa ŋku me, enye ɖevi, eye wòdoa aklala kɔmewu
”Ke Samuel ɖevi la tsi ɖe dzi, eye eƒe nu nyo Yehowa kple amegbetɔwo ŋu.
”Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene.
”Ke fia Salomo lɔ̃ dutanyɔnu geɖewo, siwo tso Moab, Amon, Edom, Zidon kple Xet hekpe ɖe Farao-vinyɔnu la ŋu. Dukɔ, tsiwo ŋu Yehowa gblɔ la na Israel-viwo bena: Migaɖe wo dome o, eye woawo hã megava mia dome o, elabena woava trɔ miaƒe dziwo ɖe woƒe mawuwo ŋu la, ŋuti Salomo ku ɖo, eye wòlɔ wo. Esrɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi. Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.
”Eyata migatsɔ mia vinyɔnuwo na woƒe viŋutsuwo o, eye migaɖe woƒe vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o; migadi woƒe ŋutifafa kple woƒe nyui tegbee o, ne ŋusẽ naɖo mia ŋu, eye miaɖu anyigba dzi nu nyuitɔwo, eye miagblẽe ɖi na mia viŋutsuwo wòanye wo tɔ tegbee.
”Eye nunɔla Ezra tsi tre gblɔ na wo bena Miewɔ nu tovo be, mieɖe nyɔnu tutɔwo, ne miana Israel ƒe fɔɖiɖi nadzi ɖe dzi. Eyata miʋu mia ɖokui me na. Yehowa, mía Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye miklã mia ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo kple nyɔnu tutɔwo ŋu! Tete dukɔ blibo la do ɣli sesĩe ɖo ŋu bena: Alesi nègblɔ la, nenema míawɔ!
”Tete srɔ̃a gblɔ nɛ bena: Egale wo blibonyenye me ɖe asi koa? Gbe Mawu, ne naku! Ke eya ɖo ŋu nɛ bena: Eƒo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Miexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe miaxɔ vɔ̃ hã oa? Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.
”Deviwo kple vi nonowo ƒe nu me neli ŋusẽ anyi ɖo le wò ketɔwo ta, ne nana ketɔwo kple hlɔ̃bialawo ƒe nu natɔ kpe.
”ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o.
”Elabena wòe hem tso dɔ me, eye nèna menɔ ɖanye ƒe no nu bɔkɔɔ. Wotsɔm gblẽ ɖe dziwò tso dɔ me ke, eye nye Mawu nenye tso danye ƒe dɔ me.
”Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.
”Meno ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ eme dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o. Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra.
”Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo! Kpɔ ɖa, nyateƒe, si le dzi me la, nèdina, eyata ɖe nunya fiam le adzame!
”Tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Mawu, amesi kplɔa ame tsigbewo va aƒee, eye wòkplɔa gatɔwo yia dzɔgbenyuie mee; ke tosẽlawo atsi kuɖinyigba dzi.
”Make nye nu kple lododowo, eye mate blemadzowo. Nusi miese, míenya, eye mía fofowo tsɔ da xo na mi la, míaɣlae de wo viwo o, eye míaxlẽ Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ kple eƒe ŋusẽ kpakple nukunu, siwo wòwɔ la, afia megbeviwo. Etu se anyi ɖe Yakob, eye wòɖo nufiame anyi de Israel, siwo ŋu wòde se na mía fofowo le be, woafia wo wo viwo, ne woƒe ƒome megbetɔwo, ɖevi, siwo dzi ge woala la, nanyae, eye woatso ɖe tsitre axlẽe afia wo viwo, ne woaɖo ŋu de Mawu ŋu, eye womaŋlɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me de asi, ne womaganɔ abe wo fofowo, ƒome sẽto dzeaglã, ƒome, si ƒe dzi meli ke o, eye eƒe gbɔgbɔ meku ɖe Mawu ŋu le nyateƒe me o la ene o.
”Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo!
”Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe mawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.
”Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,
”Mi eƒe dɔlawo, Abraham-ƒomeawo, mi eƒe ame tiatiawo, Yakob-viwo, eya nye Yehowa, mía Mawu la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le anyigbawo kalã dzi. Aɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wòɖo hena dzidzime akpewo la tegbee,
”amesi na konɔ la nɔa aƒe me, ne wòakpɔ dzidzɔ ahe vidada ene. Mikafu Yehowa!
”Yehowa adzi mia kple mia viwo de dzi.
”Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu. Alesi aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpui me viŋutsuwo. Woayra ŋutsu, si wole daku me na taŋ. Ŋu makpe wo o, ne woa kple futɔwo kpe nya le agboa nu.
”Srɔ̃wò le abe weinka, si tsena ene le wò xɔ ƒe xɔgã me, eye viwòwo le abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.
”Eye àkpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!
”Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!
”Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme. Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ. Nye ƒuwo meɣla ɖe wò, esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, eye wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe o. Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔa ɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me.
”ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.
”Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ ɖawò ƒe nufiame ɖi o;
”Vinye, megagbe Yehowa ƒe amehehe o, eƒe mokaname megaɖu dzi na wò o! Elabena amesi Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.
”Mi viwo, mise fofowo ƒe amehehe, mido ŋku anyi, ne miadze si gɔmesese. Nufiafia nyui mele tsɔtsɔm na mi, migagblẽ nye nufiame ɖi o. Elabena esi menye ɖevi na fofonye, vi fe kple tenuvi na danye la, efia num gblɔ nam bena: Wò dzi neku ɖe nye nyawo ŋu, dzra nye sededewo ɖo, ekema anɔ agbe.
”Vinye, see, eye naxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe, ekema agbenɔƒe geɖe anɔ asiwò. Nunyamɔ fiam mele wò, eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔe.
”Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒo ŋu. Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe. Elabena agbe wonye na amesiwo katã ƒe asi su wo dzi la, eye woyɔa ɖɔ woƒe ŋutilã blibo la. Dza wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.
”Wò vudo anye yayra, eye àkpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ ŋu, eya, si nye zinɔ dzeameŋu kple sãde nyo la, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ nena nanɔ ya mum ɖaa.
”Vinye, dzra fofowò ƒe sedede do, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.
”Salomo ƒe lododowo. Ɖevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada.
”Amesi gblẽ eƒe aƒe la, aɖu aya; eye bometsila azu dɔla na nunyala.
”Nyɔnu zãzɛ enye fiakuku na srɔ̃a; ke nyɔnu ŋukpenanuwɔla enye ŋuɖui le eƒe ƒuwo me.
”Yi nyanu sea fofoa ƒe amehehe; ke mokaname metsɔa fu ɖe fewuɖula ŋu o.
”Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe.
”Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.
”Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.
”Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe; ke amesi bua mokaname la, adze nunya.
”Vi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke bometsila doa vlo dada.
”Kluvi nyanu aɖu amegã ɖe aƒevi ŋukpenanuwɔla dzi, eye eya kple nɔviawo anyi dome.
”Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo, eye viwo ƒe atsyɔ̃ enye wo fofowo.
”Xɔlɔ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.
”Vi tsibome enye dziku na fofoa kple nuxaxa na dada.
”Amesi si nyɔnu su la, eƒe asi tu nu nyui, eye eƒe nu anyo Yehowa ŋu.
”Vi tsibome enye dzɔgbevɔ̃e ne fofoa, eye nyɔnu nyawɔla enye betrɔ, si le ɖuɖum ɖaa. Aƒe kple kesinɔnuwo nye ɖomenyinu tso eme fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona.
”He to na viwò, elabena mɔkpɔkpɔ gali; ke megaɖo ɖe tame be, yeawui o.
”Amesi se ŋuta le fofoa ŋu, eye wònyã dada la, vi vloe ŋukpenanuwɔla wònye.
”Ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe.
”Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔ adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.
”Amesi ado ɖiŋu na fofoa kple dada la, eƒe akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me.
”Domenyinu, si ŋu wotsi hohoho ɖo la, yayra manɔ me o.
”Enyo, ne woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu nyɔnu nyawɔla nana aƒe me kple ame.
”Gbedadaƒonɔnɔ nyo wu nyɔnu nyawɔla kple dzikutɔ gbɔ nɔnɔ.
”Mia ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eve tsi la, mate ɖa le edzi o.
”Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.
”Megagbe tohehe na ŋutsuvi la o; ne èƒoe kple ati la, menye kuku ge wòala o. Eƒoe kple ati, eye nèɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe. Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpe dzidzɔ, eye nye ayikuwo agli kple dzidzɔ, nenye be, wò nuyiwo gblɔa nusi la eteƒe la.
”Ɖo to folowò, si dzi wò, eye megado vlo dawo, ne eku nyagã o! Ƒle nyateƒe, nunya, amehehe kple gɔmesese, eye megatsɔ wo dzra o! Ame dzɔdzɔe fofo tsoa aseye, eye ne amea ɖe dzi vi nyanu la, ekpɔa dzidzɔ le eŋu. Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ, eye dawò atso aseye. Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu.
”Enyo, ne woana dzogoe dzi le xɔta, wu ne nyɔnu nyawɔla nanɔ aƒe me kple ame.
”Betrɔ, si nɔa ɖuɖu dzi ɖaa, ne tsi ga le dzadzam la, kple nyɔnu nyawɔla wosɔ;
”Amesi dzraa se ɖo la, vi nyanue; ke amesi tsoa nutsuɖuɖu ɖoa dɔe la, dea ŋukpe fofoa ŋu.
”Amesi da adzo fofoa kple ɖaɖaa hegblɔ be: Menye nuvɔ̃a ɖeke o la! nugblẽlawo ƒe hati wònye.
”Ati kple mokaname dzea nunya ame, ke ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.
”He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ.
”Dzidzime, si doa ɖiŋu na fofoa, eye meyraa dadaa o la, nenema nye dzidzime, si buna be, yedza, gake mele eƒe ɖiƒoƒo kpɔm o; nenema nye dzidzime, si ta ŋku kɔkɔ le, eye eƒe aɖahawo ɖe dzi;
”Ŋku, si ɖea alɔme le fofoa ŋu, eye mebua dada ɖe naneke me o la, akpaviãwo ahoe le to me le tɔʋu to, eye hɔ̃viwo aɖui.
”Nu etɔ̃e nye nuku nam, eye enelia la nyemenya ta le enu o: Hɔ̃ toƒe le dziƒo, ɖa toƒe le agakpe dzi, ʋu loƒe le atsiaƒu titina kpakple ŋutsu toƒe le nyɔnuvi ŋu.
”Oo vinye, oo nye dɔmevi, oo nye adzɔgbeɖeɖe ƒe vi! Megatsɔ wò ŋusẽ na nyɔnuwo o kple wò zɔzɔme na nyɔnu fiagblèlawo o!
”Amekae akpɔ nyɔnu zazɛ̃? Eƒe asime sẽ wu adzagba tɔ. Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu, eye nuwo kpɔkpɔ mavee o. Ewɔa nyuie nɛ, eye menye vɔ̃ o, le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. Edia ɖetifu kple anazi, eye eƒe asiwo wɔa ɖɔ kple dzidzɔ. Ele abe esiʋu ene, eye wòhea nuɖuɖu tso didiƒe vɛ. Ne ŋu mekpɔ ke haɖe o la, efɔna, eye wònaa nuɖuɖu eƒemetɔwo kple eƒe dɔlanyɔnuwo tɔ gome wo. Ebua la me le agble ŋu, eye wòƒlenɛ ka; eƒe asi ƒe kutsetse wòtsɔna ɖea weingblee. Etsɔa ŋusẽ blaa ali dzii, eye wòdoa ŋusẽ eƒe alɔwo. Edzea sii be, yeƒe asitsatsa nyo; eƒe akaɖi metsina le zã mee. Edoa asi ɖa léa afi, si ŋu wodoa ɖetifu ɖo, eye eƒe asibiɖewo léa keke. Edoa eƒe asi ɖe hiãtɔwo, eye wòkea eƒe abɔ me na ame dahewo. Mevɔna ɖe eƒe aƒe nu le vuvɔ ta o, elabena wotsyɔ kuntru dzi na eƒe aƒemetɔwo. Elɔ̃a kuntruwo na eɖokui, aklala kple aɖahɛ nye eƒe avɔtata. Wonyaa srɔ̃a, ne eya kple anyigba dzi ame tsitsiwo wole ʋɔnuɖrɔ̃ƒe. Etɔa awutewui hedzrana, eye asitsalawo xɔa alidziblanuwo tsoa egbɔe. Ŋusẽ kple atsyɔ̃ nye eƒe ava, eye ŋkeke ɖia kokoe nɛ. Ekea eƒe nu kple nunya, eye nufiame fafɛwo le eƒe aɖe dzi. Eléa ŋku de nuwɔwɔwo ŋu le eƒe me, eye meɖua kuviabolo o. Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ be: „Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo li; ke wòa èƒo wo katã ta!“ Nyonyo le alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa le, ele be, woakafui. Mitsɔ eƒe esi ƒe kutsetse nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo akafui le dua me!
”Ne ame le eve la, enye wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fam nyui de woƒe agbagbadzedzewo la. Elabena ne wo ɖometɔ ɖka dze anyi la, nana ame de tsitre; ke haha na amesi tsi akogo, elabena ne edze anyi la, evelia meli afɔe de tsitre o. Nenema ke ne ame eve womlɔ wo nɔewo gbɔ la, woléa dzo de wo nɔewo ŋu; aleke ame ɖeka alé dzo de eɖokui ŋui? Eye ne ame ɖeka kpɔ ŋusẽ de amesi tsi akogo dzi hã la, ame eveawo ya anɔ te ɖe enu, eye ka ŋukplaba eta mateŋu alã bɔbɔeo.
”Mia kple nyɔnu, si nèlɔ̃na la, miɖu agbe le wò agbenɔnɔ ƒuƒlu ƒe ŋkekewo katã, si wotsɔ na wò le ɣea le la me, ŋkeke ƒuƒlu, siwo katã nele agbe; elabena esia nye wò agbe kple wò agbagba, si nèdze le ɣea te la ƒe gome.
”Alesi menya ya toƒe kple alesi ƒuwo va wona ɖe dɔ me na funɔ o la, nenema mèdze si Mawu, amesi wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.
”Ɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nele gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo;
”Mi Zion-nyɔnuviwo, mido va, ne míakpɔ fia Salomo le fiakuku, si dadaa ɖɔ nɛ la me le eƒe srɔ̃ɖegbe, le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe!
”Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.
”Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia,
”Alesi ne funɔ ƒe vidzidzi tu aƒe wonoa togotogoe ƒom nɔa ɣli dom le veve sese ta la, Yehowa, nenema míenɔ le ŋkuwò mee. Míefɔ fu, eye míelé ku, ke tofloko ko míedzi: xoname meva na anyigba la o, eye amewo medzɔ ɖe xexea me o.
”Agbagbea, agbagbea koe akafu wò, abe alesi mele wɔwɔm egbe sia ene; fofo ɖea wò nyateƒe fiãa viwo.
”Mi ƒukpowo, miɖo tom, mi adzɔge dukɔwo, miƒu to anyi! Yehowa yɔm tso dɔ me ke, eye wòyɔ ŋkɔnye tso danye ƒe do me ke.
”Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzie be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!
”Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu. Elabena Yehowa ya wò abe nyɔnu, si wogblẽ ɖi wòle nu xam ene, eye abe ɖekakpuime srɔ̃, si wogbe ene, Yehowa ye gblɔe.
”Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asa gbɔ.
”Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.
”Alesi ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema dziwòviwo aɖe wòe; alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.
”Alesi ŋutsua ɖe dada fa akɔ ne la, nenema mafa akɔ na mii, eye miaƒe akɔ afa le Yerusalem ŋu.
”Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.
”Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea?
”Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.
”Yehowa be: Mi vi dzeaglãwo, migatrɔ va, elabena nyee nye mia srɔ̃, eye maɖe ame ɖeka tso du me kple ame eve tso ƒome me ahakplɔ mi ava Zion;
”miete amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, miekɔ ʋu maɖifɔ ɖi ɖe teƒe sia o, eye miedze mawu tutɔwo yome hena miaƒe gbegblẽ o la, ekema mana mianɔ teƒe sia le anyigba, si metsɔ na mia fofowo tegbee la dzi.
”Miɖe srɔ̃, eye midzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; miɖe nyɔnu na mia viŋutsuwo, eye miɖe ŋutsu na mia vinyɔnuwo, ne wòadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; midzi ɖe dzi le afima, eye migazu ʋee o.
”Esi meɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi o, ke boŋ nètsɔ nusiawo katã do dziku nam ŋuti la, eyata kpɔ ɖa, mahe wò zɔzɔme ava wò ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe: Ɖe mèhewɔ ŋukpenanu sia kpe ɖe wò ŋunyɔnuwo katã ŋu o ɖe! Kpɔ ɖa, ne amesiame be, yeado hamelo la, adoe ɖe ŋuwò bena: „Alesi dada le la, nenema vianyɔnu nɔna.“
”Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi.
”Eye megblɔ na wo viwo le gbea dzi bena: Migazɔ de mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migalé woƒe sewo me ɖe asi o, eye migatsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o!
”Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.
”Womaɖe ahosi alo nyɔnu, si wogbe la o, ke boŋ woaɖe ɖetugbi tso Israel ƒe aƒe ƒe ƒome la me; ke wokpɔ mɔ aɖe nunɔlawo ƒe ahosi.
”Ànye nye ŋugbetɔ tegbee, eye matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ana nenye nye ŋugbetɔ: ànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me, ne nadze si Yehowa.
”Mixlẽe fia mia viwo, mia viwo naxlẽe afia wo viwo, eye wo viwo naxlẽe afia wo megbeviwo!
”Xa nu abe ɖetugbi, si ta akpanya ɖe eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ŋu la ene!
”Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.
”Ne ame eve be, yewoazɔ ma la, ɖe womeɖoa gbe ɖi hafi oa?
”Ŋutsuvi aɖe alɔme le fofoa ŋu, eye nyɔnuvi atso ɖe dada ŋu; lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu, eye ŋutsu ƒe aƒemetɔwo anye eƒe futɔwo.
”Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ! Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo, amedzrowo kple ame dahewo ɖe anyi o, eye migaɖo nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe ta me ɖe mia nɔewo ŋu o!
”Eye ne miegblɔ be, nuka me hã la, le esi Yehowa nye ɖasefo na mia kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si ŋu nèto vo ɖo la tae, evɔ wònye wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nẽhla nu kplii la, wònye hafi. Ɖe menye ame ɖekae wɔ mi, eye wole míaƒe agbe ɖe le oa? Nuka dim ame ɖeka la le? Mawu ƒe ƒome dim wole. Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o. Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!
”ne wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe viwo ŋu, eye viwo, ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu, ne nyemagava atsrɔ̃ anyigba la gbidigbidi o.
”Yesu Kristo, si nye Dawid vi, amesi nye Abraham vi la, ƒe dzidzimegbalẽ. Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi Yuda kple nɔviawo; Yuda kpakple Tamar wodzi Perez kple Zarax, Perez dzi Xezron, eye Xezron dzi Aram; Aram dzi Aminadab, Aminadab dzi Naxeson, eye Naxeson dzi Salmon; Salmon kpakple Raxab wodzi Boaz, Boaz kpakple Rut wodzi Obed, eye Obed dzi Isai; Isai dzi Dawid, fia la, eye Dawid, fia la, kpakple Uriya srɔ̃ wodzi Salomo; Salomo dzi Rexabeam, Rexabeam dzi Abiya, eye Abiya dzi Asa; Asa dzi Yosafat, Yosafat dzi Yoram, eye Yoram dzi Uziya; Uziya dzi Yotam, Yotam dzi Axaz, eye Axaz dzi Xizkiya; Xizkiya dzi Manase, Manase dzi Amon, eye Amon dzi Yosiya; eye Yosiya dzi Yexonya kple nɔviawo, le esime wokplɔ wo yi ɖe Babilonia. Eye esi wokplɔ wo yi ɖe Babilonia megbe la, Yexonya dzi Sealtiel, eye Sealtiel dzi Zerubabel; Zerubabel dzi Abihud, Abihud dzi Elyakim, eye Elyakim dzi Azur; Azur dzi Zadok, Zadok dzi Yaxin, eye Yaxin dzi Elihud; Elihud dzi Eleazar, Eleazar dzi Matan, eye Matan dzi Yakob; eye Yakob dzi Yosef, si nye Mana, amesi dzi Yesu, si woyɔna be Kristo la, srɔ̃.
”Azɔ dzidzimeawo katã tso Abraham dzi vaseɖe Dawid dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso Dawid dzi vaseɖe kpakple yi ɖe Babilonia dzi la wole dzidzime wuiene, eye tso kpɔkplɔ yi ɖe Babilonia dzi vaseɖe Kristo dzi la wole dzidzime wuiene.
”Ke Yesu Kristo ƒe dzidzi le ale: Esime wodo dadaa Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me. Ke srɔ̃a Yosef, si nye ame dzɔdzɔe, eye mele didim be, yeado ŋukpee o la, do tame bena, yeagblẽe ɖi le aɖaŋu me. Ke esi wòle nu siawo ŋuti bum la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me. Ke esia katã va me, bene woawu nya, si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“ Ke esi Yosef nyɔ tso alɔ̃ me la, ewo alesi Aƒetɔ ƒe dɔla la gblɔ nɛ, eye wòkplɔ srɔ̃a va eɖokui gbɔe; eye menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.
”Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.
”Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi. Eyaŋuti ne etsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nyaa ɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome do gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.
”Wogblɔ hã bena: Amesi aɖe asi le srɔ̃a ŋu la, nena kaklãgbalẽe; ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eva menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le la, ewɔ ahasi.
”Alo ameka le mia dome, ne via abia aboloe la, wòatsɔ kpe anae mahã? Alo ne abia tɔmelãe la, wòatsɔ da anae mahã? Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?
”Migaɖu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ. Elabena meva ame kple fofoa, vinyɔnuvi kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome mã ge; eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo. Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o.
”Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;
”Ke esi wogale nu ƒom na amehawo la, kpɔ ɖa, dadaa kple nɔviawo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpakplii. Eye amea ɖe va gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dawò kple nɔviwòwo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpli wò. Ke eɖo ŋu gblɔ na amesi gblɔe nɛ la, bena: Amekae nye danye, eye amekawo nye nɔvinyewo mahã? Eye wòdo eƒe abɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi gblɔ bena: Kpɔ danye kple nɔvinyewo ɖa! Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.
”Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa? Eye nɔvianyɔnuwo la menye wo katãe le mía dome o ɖe? Afika gɔ̃ amesia kpɔ nenem nusiawo katã tsoe mahã? Eye eƒe nu ɖia nu na wo. Ke Yesu gblɔ na wo bena: Womeɖoa kpo nyagblɔɖila bubu o, negbe le ye ŋutɔ fofoawo de kple ye ŋutɔ ƒe me ko.
”Elabena Mawu de se bena: Bu fofowò kple dawo! Eye amesi ke gblɔa nya vɔ̃ ɖe fofoa alo dadaa ŋuti la, ku ke wòaku. Ke miawo la miegblɔ bena: Amesi ke lagblɔ na fofoa alo dadaa bena: Nusi ke nate ŋu akpɔ tso gbɔnye la, nanye nunana na Mawu la, eya magabu fofoa alo dadaa o! Eye miegabua Mawu ƒe se la o le miaƒe koa ŋuti.
”Eye Yesu yɔ ɖevi suea ɖe va egbɔ, eye wòtsɔe ɖo wo titina. Eye wògblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ, eye miezu abe ɖeviwo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o. Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me. Eye amesi ke laxɔ nenem ɖevi sia tɔgbe ɖeka le nye ŋkɔa dzi la, nyee wòxɔ; ke amesi ke laɖia nenem ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ bena, woatsɔ té atsi ɖe ko nɛ, eye woatsɔe aɖa ɖe ƒu ƒe gogloƒe, be wòano tsi aku.
”Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.
”Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò.
”Tete Petro va egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã? Halase zi adre loo? Yesu gblɔ nɛ bena: Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi adre teƒe blaadre.
”Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã? Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã? Eye wòbe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka, nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o. Wogblɔ ne bena: Azɔ nukaŋuti Mose de se bena, woana gbegbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti mahã? Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o. Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi. Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Ne ŋutsu kple srɔ̃a dome nya le ale la, ekema menyo bena, woaɖe srɔ̃ o.
”Tete wotsɔ ɖevi suewo va egbɔ, bena woada asi ɖe wo dzi, eye ne wòado gbe ɖa; ke nusrɔ̃lawo blu ɖe wo ta. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.
”Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.
”Eye wogblɔ nɛ bena: Ese nusi ame siawo le gbɔgblɔm mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: „Ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo o mahã?
”Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via, eye wòdɔ eƒe dɔlawo, bena wòayi aɖayɔ amesiwo wokpe la, ava srɔɖeŋkekenyuieɖuƒee; ke womelɔ̃ bena, yewoava o. Egadɔ dɔla bubuwo gblɔ bena: Migblɔ na amesiwo wokpe la bena: Kpɔ ɖa, medzra nye nuɖuɖu ɖo; wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nuwo katã sɔ gbe; miva srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.
”Eyaŋuti miyi mɔ dzeveewo dzi, eye amesiame, si ke míakpɔ la, miyɔe va srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe. Eye nenem dɔla mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo amesiame, si wokpɔ la, nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa, eye srɔ̃ɖeƒe la yɔ fũ kple kplɔ̃ŋutinɔlawo. Ke esi fia la va kplɔ̃ŋutinɔlawo kpɔ ge ɖa la, ekpɔ amea ɖe le afima, si medo srɔɖewu o; eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te.
”Le ŋkeke ma dzi la zadukitɔ, siwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o la, va egbɔ, eye wobiae bena: Nufiala, Mose gblɔ bena, ne amea ɖe ku, eye viwo mele esi o la, nɔvia naɖe srɔ̃a, ne wòado ƒome ɖi na nɔvia. Azɔ nɔviŋutsu adre na mia dome, eye gbãtɔ, si ɖe srɔ̃ ta, ku, eye esi ƒomea ɖeke mele esi o la, egblẽ srɔ̃a ɖi na nɔvia; nenema ke evelia kple etɔ̃lia hã wowɔ, vaseɖe adrelia dzi. Wo katã megbe la nyɔnu la hã ku. Azɔ le tsitretsitsi la me ɖee, wo ame adre la dometɔ ka srɔ̃ woazu mahã? Elabena wo katã woɖee kpɔ. Eye Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o. Elabena le tsitretsitsi la me la womeɖea srɔ̃ o, eye womenana woɖea wo hã o; ke boŋ wole abe mawudɔlawo le dziƒo ene. Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gome la, ɖe miexlẽ nya, si Mawu gblɔ ɖi na mi bena: „Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbegbewo toe.
”Eye migayɔ amea ɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.
”Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me,
”Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃.
”Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la, eye wòna ŋkɔ woawo bena Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo;
”Eye ne aƒe mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ anyi o.
”Eye dadaa kple nɔviawo va afima, eye wole tsi tre le xexe, da ame ɖe egbɔ be, woayɔe ɖa. Eye ameha la le anyinɔƒe ƒo xlãe. Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dawò kple nɔviwòŋutsuwo kpakple nɔviwònyɔnuwo le xexe le diwòm. Eye wòɖo ŋu na wo bena: Amekawo nye danye kple nɔvinyewo mahã? Eye esi wòkpɔ amesiwo le anyinɔƒe ƒo xlãe dzi godoo la, egblɔ bena: Mikpɔ danye kple nɔvinyewo ɖa! Amesi ke awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eya kee nye nɔvinyeŋutsu, ganye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.
”Alo amesia la, de menye atikpala, si nye Mana vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti. Eye Yesu gblɔ na wò bena: Womedoa kpo nyagblɔɖila bubu o, negbe le eya ŋutɔ fofoawo de kple eƒomeawo dome kpakple eƒe me ko.
”Elabena Mose gblɔ bena: „Bu fofowò kple dawo; eye amesi ke gblɔa nya vɔ̃ ɖe fofoa kple dadaa ŋuti la, ku ke woaku;“ ke miawo la miegblɔ be: Ne amea ɖe lagblɔ na fofoa alo dadaa bena: Nusi ke nate ŋu akpɔ tso gbɔnye la, nanye korban (esi gome enye nunana na Mawu), miena mee be, wòagawɔ naneke na fofoa alo dadaa o; eye miena Mawu ƒe nya la tsi mabumabu le miaƒe ka, si mieɖo anyi la ŋuti; eye nusiawo tugbe geɖe miewɔna.
”Eye wotsa ɖevi suea ɖe ɖo wo titina, eye wòlée ɖe eƒe akɔnu gblɔ na wo bena: Amesi ke laxɔ ɖevi siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke laxɔm la, menye nye wòxɔ o, ke boŋ amesi dom lae.
”Ke amesi ke laɖia ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ wu bena, woatso té atsi ɖe ka ne, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe ƒu me.
”Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã? Eye wòɖo ŋu na wo bena: Aleke Mose de see na mi mahã? Ke wogblɔ bena: Mose ɖe mɔ bena, woaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ, eye woaɖe asi le eŋu. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋuti woŋlɔ se sia ɖi na mi ɖo. Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la atsu kple asi wòwɔ wòe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnua ŋuti, eye wo kpakple eve woanye ŋutilã ɖeka, ale bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla ɖekae la, ame nagamã me o. Eye le aƒea me la nusrɔ̃lawo gabia le nya sia ŋuti. Eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke aɖe asi le srɔ̃a ŋuti, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi ɖe eyama ŋuti; eye ne nyanu agbe srɔ̃a, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi.
”Eye wotsɔ ɖevi suewo va egbɔ be, woada asi ɖe wo dzi; ke nusrɔ̃lawo blu ɖe amesiwo tso wo ve la ta. Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la. Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o. Eye esi wòlé wo ɖe eƒe akɔnu la, eyra wo, le esime wòda asi ɖe wo dzi.
”Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.
”Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyuie la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.
”Nufiala, Mose ŋlɔ ɖi na mi bena: Ne amea ɖe nɔviŋutsu ku, eye wògblẽ srɔ̃a ɖi, eye viwo mele esi o la, nɔvia naɖe srɔ̃a, eye wòado ƒome ɖi na nɔvia. Azɔ nɔviŋutsu adre nɔ anyi; gbãtɔ ɖe srɔ̃, eye woku, megblẽ viwo ɖi o. Eye evelia ɖee, eye woku, megblẽ viwo ɖi o, eye etɔ̃lia hã nenema ke; eye wo ame adreawo katã megblẽ viwo ɖi o. Le wo katã megbe la nyɔnu la hã ku. Le tsitresitsi la me la, wo dometɔ ka tɔ nyɔnu la azu mahã? Elabena wo ame adreawo katã ɖee kpɔ. Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe menye esia ta míeɖa ƒu, elabena mienyã ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o mahã? Elabena ne woatsi tre atso ame kukuwo dome la, womaɖe srɔ̃ alo woana bena, woaɖe wo o; hafi boŋ wole abe mawudɔla, siwo le dziƒowo la ene. Ke le ame kukuwo gome, bena woatsi tre la, ɖe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me, alesi Mawu ƒo nu nɛ le ŋuve la me bena: „Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã?
”Eye nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade via asi, eye ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawui.
”Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes. Eye wòanye dzidzɔ kple aseyetsotso na wò, eye ame geɖewo adzo dzi le eƒe dzidzi ŋuti. Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke. Eye wòatrɔ Israel-viwo dome ame geɖewo ava Aƒetɔ, woƒe Mawu la gbɔ. Eye wòanɔ eŋgɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be, wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ava ɖeviwo gbɔ kple tosẽlawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya me, ne wòadzra dukɔ la ɖo ɖi woasu te na Aƒetɔ la.
”Eye le ɣleti adelia me la Mawu dɔ dɔla Gabriel ɖo ɖe Galilea-dua ɖe, si ŋkɔ enye Nazaret la me, ɖe ɖetugbi, si ŋugbe wodo na ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Yosef, tso Dawid ƒe me la gbɔ, eye ɖetugbi la ŋkɔe nye Maria. Eye esi mawudɔla va me le egbɔ la, egblɔ nɛ bena: Medo gbe na wò, wò amesi nu wòve! Aƒetɔ la li kpli wò. Ke eƒe dzi lã kpo le nya la ŋuti, eye wòde ŋugble sẽ bena: Nuka gbedoname gɔ̃ enye esi! Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ. Eye kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o. Eye Maria gblɔ na dɔla la bena: Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã? Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.
”Eye wòva me bena, esi Elisabet se Mana ƒe gbedoname ko la, via ho le eƒe dɔ me; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la! Eye afika gɔ̃ nusia tso bena, nye Aƒetɔ la dada va gbɔnye mahã? Elabena kpɔ ɖa, esi wò gbedoname ɖi ɖe nye to me la, ɖevi la ho le nye dɔ me le dzidzɔ ŋuti.
”Eye Yosef hã dzo le Galilea, tso Nazaret-du la me heyi Yudea ɖe Dawid du, si woyɔna be Betlexem la me, elabena etso Dawid ƒe me kple eƒome la me, be woaŋlɔ eya kple Mana, amesi ŋugbe wodo nɛ, si nye funɔ la, ƒe ŋkɔ. Eye esi wole afima la, eva ve me be, eƒe ŋkeke la de be, wòadzi vi. Eye wòdzi ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi, eye wòxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me; elabena womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe o.
”Eye esi wotso aʋa nɛ le ŋkeke enyilia dzi la, wotsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu, abe alesi mawudɔla yɔe ɖi, hafi wòfɔ eƒe fu ene. Eye esi wowu woƒe ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe se la nu la, wotsɔe yi Yerusalem, be woatsɔe aɖo Aƒetɔ ŋku me, abe alesi woŋlɔ ɖi le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: „Atsu sia atsu, si ʋu dɔnu la, woayɔ eya kɔkɔe na Aƒetɔ la“;
”Eye esi wokpɔe la, kuvia ɖo wo, eye dadaa gblɔ nɛ bena: Vinye, nukaŋuti newɔ ɖe mia ŋu ale? Kpɔ ɖa, mia kple fofowò miedi wò kple nuxaxa. Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miedim ma? Ɖe mienya bena, ele nam be, manɔ nusiwo nye fofonye tɔ me o mahã? Eye womese nya, si wògblɔ na wo la gɔme o. Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.
”Eye Yesu ŋutɔ, esi wòdze ɖɔ gɔme la, exɔ ƒe anɔ ƒe blaetɔ̃, eye wònye — le amewo ƒe susu nu — Yosef vi, amesi nye Eli vi, amesi nye Mata vi, amesi nye Lewi vi, amesi nye Melxi vi, amesi nye Yona vi, amesi nye Yosef vi, amesi nye Matatia vi, amesi nye Amos vi, amesi nye Nahum vi, amesi nye Esli vi, amesi nye Nagae vi, amesi nye Mahat vi, amesi nye Matatia vi, amesi nye Semei vi, amesi nye Yosef vi, amesi nye Yuda vi, amesi nye Yohanan vi, amesi nye Resa vi, amesi nye Zerubabel vi, amesi nye Salatiel vi, amesi nye Neri vi, amesi nye Melxi vi, amesi nye Adi vi, amesi nye Kosam vi, amesi nye Elmadam vi, amesi nye Er vi, amesi nye Yose vi, amesi nye Eliezer vi, amesi nye Yorim vi, amesi nye Matat vi, amesi nye Lewi vi, amesi nye Simeon vi, amesi nye Yuda vi, amesi nye Yosef vi, amesi nye Yonan vi, amesi nye Eliakim vi, amesi nye Melea vi, amesi nye Mena vi, amesi nye Matata vi, amesi nye Natan vi, amesi nye Dawid vi, amesi nye Isai vi, amesi nye Obed vi, amesi nye Boaz vi, amesi nye Salmon vi, amesi nye Nahason vi, amesi nye Aminadab vi, amesi nye Aram vi, amesi nye Esron vi, amesi nye Fares vi, amesi nye Yada vi, amesi nye Yakob vi, amesi nye Isak vi, amesi nye Abraham vi, amesi nye Tara vi, amesi nye Nahor vi, amesi nye Seruk vi, amesi nye Regu vi, amesi nye Peleg vi, amesi nye Eber vi, amesi nye Sala vi, amesi nye Kainan vi, amesi nye Arfaksad vi, amesi nye Sem vi, amesi nye Noa vi, amesi nye Lamex vi, amesi nye Metusala vi, amesi nye Enox vi, amesi nye Yared vi, amesi nye Mahalaleel vi, amesi nye Kainan vi, amesi nye Enos vi, amesi nye Set vi, amesi nye Adam vi, amesi nye Mawu tɔ.
”Eye dadaa kple nɔviawo va egbɔ, eye womete ŋu te ɖe eŋu o le ameha la ŋuti. Eye wogblɔ nɛ bena: Dawò kple nɔviwòwo le tsitre le xexe le didim be, yewoakpɔ wò. Eye wòɖo eŋu na wo bena: Danye kple nɔvinyewo nye esiawo, amesiwo le mawunya la Sem, eye wole edzi wɔm.
”Ke fofo ka le mia dome, si via abia aboloe, eye wòana kpee, alo tɔmelã, eye wòana dae de tomelã teƒe mahã? Alo ne abia koklozi la, wòana dziɖegbee mahã? Azɔ mí, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã? Yesu he nya ɖe farisitɔ, siwo di bena, yewoado vloe bebia dzesi tso dziƒo la ŋuti.
”Woamã fofo kple viŋutsu me, eye viŋutsu kple fofo me, ɖada kple vinyɔnu me, eye vinyɔnu kple ɖada me; lɔ̃xo kple visrɔ̃ me, eye visrɔ̃ kple lɔ̃xo me.
”Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. Amesi ke metsɔ eƒe atitsoga, eye wòva dze yonyeme o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
”Eye wògblɔ bena: Ŋutsuvi eve le amea ɖe si; eye wo dome ɖevitɔ gblɔ na fofoa bena: Fofo, tsa nuawo ƒe akpa, si nye tɔnye la nam. Eye wòmã nuawo me na wo. Eye mede ŋkeke geɖea ɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye woʋu heyi anyigba didia ɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖabaɖa nɔnɔ. Ke esi wògblẽ wo katã vɔ la, dɔwuame sesẽa ɖe va anyigba ma katã dzi, eye hiã de asi etutu me. Eye wòyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe anyigba ma ƒe dumetɔa ɖe ŋu, eye wòdɔe ɖe eƒe abɔ me, be wòanyi hawo. Eye wòdi be, yeatsɔ akanyi, si hawo ɖuna la, ade yeƒe dɔ me, ke amea ɖeke menae a: Ke, esi wòyi eɖokui me la, egblɔ bena: Fofonye ƒe agbatedɔwɔla nenie kpɔ abolo sɔ gbɔ, ke nye la mele tsɔtsrɔ̃m le dɔwuame ta. Matsi tre, eye mayi fofonye gbɔ, eye magblɔ nɛ bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò. Nyemegadze be, nayɔm be viwò o; wɔm abe wò dɔlawo dometɔ ɖeka ene. Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ. Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o. Ke fofoa gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be miado nɛ, eye miɖe asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo; eye milé nyivi dami la ve, miwui, eye mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ; elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.
”Amesiame, si aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi; eye amesi aɖe esi ŋu ŋutsua ɖe ɖe asi le la, ewo ahasi.
”Mikpɔ mia ɖokui dzi! Ne nɔviwò wo nuvɔ̃ la, ka ŋku me nɛ; eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee. Eye ne ewo nuvɔ̃ ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wògatrɔ zi adre va ɖe kuku na wò la, tsoe kee.
”Eye wotsɔ vidzĩewo hã va egbɔ, bena wòada asi ɖe wo dzi; ke esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, woblu ɖe wo ta. Eye Yesu yɔ wo va egbɔ gblɔ bena: Mina ɖeviawo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.
”Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ aƒe alo srɔ̃ alo nɔviŋutsuwo alo dzilawo alo viwo ɖi le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòado kpo teƒeɖoɖo geɖe xɔxɔ awu le ɣeyiɣi sia me kple agbe mavɔ la xɔxɔ le xexe, si lava va la me o.
”Tete zadukitɔwo dometɔa ɖewo, siwo sẽa nu le tsitretsitsi ŋuti bena, meli o la, va biae bena: Nufiala, Mose ŋlɔ ɖi na mí bena: Ne amea ɖe nɔviŋutsu, tsi srɔ̃ le esi la ku, eye megblẽ viwo ɖi o la, nɔvia naɖe srɔ̃a, eye wòado ƒome ɖi na nɔvia. Azɔ nɔviŋutsu adre li, eye esi gbãtɔ ɖe srɔ̃ la, eku megblẽ viwo ɖi o; eye evelia kple etɔ̃lia hã ɖee, eye nenema ke wo ame adre la katã megblẽ viwo ɖi o, eye woku. Emegbe la nyɔnu la hã ku. Azɔ le tsitretsitsi la me ɖee, wo dometɔ ka srɔ̃ nyɔnu la azu mahã? Elabena wo ame adre la katã ɖee kpɔ. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Xexe sia me viwo ɖea srɔ̃, eye wotsɔa wo nana, be woaɖe; ke amesiwo dze be, woƒe asi nasu xexe keme kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi la, womeɖea srɔ̃ o, eye wometsɔa wo nana, be woaɖe hã o,
”Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena, amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso.
”Eye le ŋkeke etɔ̃agbe la woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyuie le Kana, le Galilea, eye Yesu ɖada le afima;
”Amesi si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃, ke ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃, amesi le tsitre le to ɖomi la, kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe ŋuti; azɔ nye dzidzɔ sia zu blibo. Eyama latsi de edzi tsã; ke nye la mayi to.
”Egblɔ nɛ bena: Heyi ɖayɔ srɔ̃wò, eye nava afisia. Nyɔnua xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Srɔ̃ mele asinye o. Yesu gblɔ nɛ bena: Egblɔe nyuie bena: Srɔ̃ mele asinye o; elabena ŋutsu atɔ̃ nɔ asiwò kpɔ, eye amesi le asiwò fifia la, menye srɔ̃wo wònye o; èto nyateƒe le esia me.
”Tete fofoa dze sii bena, enye gaƒoƒo ma, si dzi Yesu gblɔ ne bena: Viwò la le agbe, eye eya ŋutɔ xɔe se kple eƒeme blibo katã.
”Eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yesu, Yosef vi la, amesi toto kple dada miawo mienyã lae o ɖe? Azɔ aleke wɔ amesia le gbɔgblɔm bena: Meɖi tso dziƒo va mahã?
”Eye esi wòle eme tsom yina la, ekpɔ amea ɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke. Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae bena: Rabi, ameka wo nuvɔ̃, amesia loo, alo eƒe dzilawo bena, wodzii ŋkugbagbãe mahã? Yesu do ŋu bena: Menye amesia alo eƒe dzilawoe wo nuvɔ̃ o, ke boŋ bena woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia le eyama me.
”Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwo o, megbɔna mia gbɔ.
”Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.
”Ke dadaa kple dadaa nɔvinyɔnu Maria, Klopa srɔ̃, kpakple Maria, Magdalatɔ, wole tsitre ɖe Yesu ƒe atitsoga la gbɔ. Eye esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔla, si wolɔ̃na, wole tsitre ɖe egbɔ la, egblɔ na dadaa bena: Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si! Emegbe la egblɔ na nusrɔ̃la ma bena: Kpɔ ɖa, dawòe nye esi! Eye tso gaƒoƒo ma ke dzi la nusrɔ̃la la kplɔ eyama yi ye ŋutɔ ƒe me.
”Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.
”„Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo.
”Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.
”enye mawumeme, eye wòvɔ̃a Mawu kple eƒe aƒe blibo la; amesi wɔ dɔmenyonu geɖewo na amewo, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu ɖaa.
”amesi lagblɔ nya, siwo me nato akpɔ ɖeɖe la, na mia kple aƒewò katã.
”Eye esi wode mawutsi ta nɛ kple eƒeme katã la, eɖe kuku gblɔ bena: Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me, eye mina afima Eye wozi mia dzi.
”Wogblɔ bena: Xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se, eye mia kple aƒewò me míakpɔ ɖeɖe. Eye wogblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ kple amesiwo katã le eƒe me. Eye wòkplɔ wo le zã ƒe gaƒoƒo ma ke dzi, eye wòklɔ abiawo na wo, eye wode mawutsi ta nɛ kple etɔwo katã enumake. Eye wòkplɔ wo yi eƒe me heɖo kplɔ na wo, eye wòkpɔ dzidzɔ kple eƒeme katã bena, yexɔ Mawu dzi se.
”Elabena nyɔnu srɔ̃tɔ la, ŋkeke alesi srɔ̃ŋutsua le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsua ku la, wotui tso se, si biae ɖe srɔ̃ŋutsua ŋuti la me. Eyata azɔ, ne ezu ame bubu srɔ̃, esime srɔ̃ŋutsua gale agbe la, woayɔe be ahasiwɔla; gake ne srɔ̃ŋutsua ku la, evo tso se la me, eye ne ezu ame bubu srɔ̃ la, meganye ahasiwɔla o.
”Elabena ame alesi nu Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la mawuviwo wonye. Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo! Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.
”Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋuta ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena mienyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.
”Elabena alesi ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mi, gake ŋutinuawo katã mewɔa ɖo ɖeka ƒomevi o la, nenema ke mí ame geɖewo míenye ŋutilã ɖeka le Kristo me, hafi mía dome ame ɖeka ɖekawo la ŋutinuwo míenye;
”Nusi ŋuti mieŋlɔ nya nam le la, mebe: Enyo na ame bena, wòagade asi nyanu ŋu o. Ke le ahasiwɔwɔwo ŋuti la nyanu nane ŋutsu sia ŋutsu si, eye ŋutsu nanɔ nyɔnu sia nyɔnu si. Ŋutsu nawɔ nusi dzɔ la, na srɔ̃a, eye nyɔnu hã nawɔ na srɔ̃a nenema ke. Nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe srɔ̃ŋutsu la ko; ke nenema ke ŋutsu hã mekpe ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe nyɔnu la ko. Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣia ɖe dzi hafi, bena miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o. Ke mele esia gblɔm le mɔnana nu, eye menye le sedede nu o. Elabena mele didim bena, amewo katã nanɔ anyi, abe alesi nye hã mele ene; gake amesiame kpo ye ŋutɔ ƒe amenuvevenuna tso Mawu gbɔ, amea ɖeka kpɔ esi, eye ame bubu hã kpɔ bubu.
”Ke megblɔ na trewo kple ahosiwo bena, ne woano abe alesi nye hã mele ene la, ekema anyo na wo. Ke ne womate ŋu aɖu wo ɖokui dzi o la, woaɖe srɔ̃, elabena srɔ̃ɖeɖe nyo wu fieŋufieŋu. Ke mede se na srɔ̃tɔwo — hafi menye nyee o, ke Aƒetɔ lae boŋ — be, nyɔnu nagagbe srɔ̃a o. Ke ne egbee la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawo ɖeka kpakple srɔ̃ŋutsu la; eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o.
”Ke ame mamlewo la, nyee le egblɔm na wo — menye Aƒetɔ lae o — bena, ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvia ɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeana egbɔ la, negagbee o. Eye ne ŋutsu, si mexɔ se o la, le nyɔnua ɖe si, eye wòdze ŋutsua ŋu be, yeanɔ egbɔ la, negagbe ŋutsu la o. Elabena ŋutsu, si mexɔ se o la, ŋuti kɔ le srɔ̃a me, eye nyɔnu, si mexɔ se o la, hã ŋuti kɔ le ŋutsua me; ɖe menye nenem o la, ne mia viwo anye ame makɔmakɔwo, ke azɔ la wole kɔkɔe. Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me. Elabena wò nyɔnu, aleke nènyae bena, ale ŋu axɔ srɔ̃wò ɖe agbe mahã? Alo wò ŋutsu, aleke nènyae bena, ate ŋu axɔ srɔ̃wo ɖe agbe mahã?
”Ke ɖetugbiwo la, nyemexɔ asea ɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le wo ŋuti o, gake maɖo aɖaŋu na wo, abe amesi kpɔ nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ, bene manye nuteƒewɔla la ene. Azɔ mesusu bena, esia nyo le hiãkame, si gbɔna fifi la ŋuti bena, enyo na ame be, wòanɔ anyi nenema. Nenye ɖe wòbia wò ɖe nyɔnu ŋuti la, megadi etutu o; ke ne wotu wò le nyɔnu ŋuti la, megadi srɔ̃ o. Ke ne eɖe srɔ̃ hã la, mèwɔ nuvɔ̃ o; eye ne ɖetugbi ɖe srɔ̃ la, mewɔ nuvɔ̃ o; ke nenem me siawo akpɔ xaxa le ŋutilã me. Ke nye la ɖe mekpɔ mia nublanui. Ke esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, manɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene;
”Ke mele didim be, miagakpɔ fuɖeɖea ɖeke o. Amesi meɖe srɔ̃ o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, alesi wòawɔ adze Aƒetɔ la ŋu. Ke ŋutsu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexemenuwo, alesi wòawɔ adze nyɔnu la ŋu, eye wòle evedomesi. Nenema ke nyɔnu, si ɖe srɔ̃ la, kple ɖetugbi hã wole, nyɔnu, si si srɔ̃ mele o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, bena wòanɔ kɔkɔe le ŋutilã kple gbɔgbɔ la me; ke nyanu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexe sia me nuwo, alesi wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke megblɔ esia le mia ŋutɔwo miaƒe viɖe ta, menye bene maɖe mi kple ka o; ke boŋ bene mianɔ kɔnuwɔwɔ nyui kple Aƒetɔ ŋunɔnɔ tututu dzi, alesi dze, eye naneke nagahe mi ɖa o.
”Ke ne amea ɖe susu be, yemawɔ nyuie ɖe yeƒe ɖetugbi ŋuti o, nenye be, ele srɔ̃ɖeɖe me tom, eye ne ele vevie azɔ be, wòaɖe srɔ̃ la, ekema nusi dim wòle la, newɔe: mewɔ nuvɔ̃ o, nena wòaɖe srɔ̃. Ke amesi tsi tre sesĩe le eƒe dzi me, eye naneke mezi edzi o, ke boŋ wòkpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi, eye wòɖo esia le eƒe dzi me bena, yeadzra yeƒe ɖetugbia ɖo srɔ̃maɖemaɖee la, eya awɔe nyuie. Eyata amesi tso eƒe ɖetugbi na woɖe la, wòe nyuie; ke amesi metsɔe na woɖe o la, awɔe nyuie awu. Se la bla nyɔnu, ŋkeke alesi srɔ̃a le agbe la, gake nenye be, ŋutsua ku la, ekema evo bena, wòaɖe amesi ke wòlɔ; negbe ɖeko woawɔe le Aƒetɔ la me. Ke nenye be, enɔ anyi nenema srɔ̃maɖemaɖee la, woayrae awu le nye tamesusu nu. Ke mebuna bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le nye hã menye.
”Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu. Ke ŋutsu sia ŋutsu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye wòtsyɔ nu ta la, edoa ŋukpe eƒe ta. Ke nyɔnu sia nyɔnu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye mebia ta o la, edoa ŋukpe eƒe ta, elabena ele abe ɖe wòlũ ta ene. Elabena ne nyɔnu mebia ta o la, na ne wòako ta keŋ! Ke ne enye ŋukpe na nyɔnu be, wòako ta alo wòalũi la, ekema nebia ta. Hafi ŋutsu la negatsyɔ nu ta o; elabena Mawu ƒe nɔnɔme kple eƒe bubu wònye, ke nyɔnu enye ŋutsu ƒe bubu. Elabena ŋutsu metso nyɔnu me o, hafi nyɔnu boŋ ye tso ŋutsu me. Elabena womewɔ ŋutsu le nyɔnu ta o, hafi wowɔ nyɔnu le ŋutsu ta boŋ. Eyata ele na nyɔnu bena, wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ta dzi le mawudɔlawo ŋuti. Gake srɔ̃nyɔnu mele Aƒetɔ la me ŋutsu manɔmee o, eye srɔ̃ŋutsu hã mele Aƒetɔ la me nyɔnu manɔmee o. Elabena abe alesi nyɔnu tso ŋutsu me la, nenema ke ŋutsu hã to nyɔnu me va; ke esiawo katã tso Mawu gbɔ. Midrɔ̃e le mia ŋutɔwo mia ɖokui me kpɔ, ɖe wòdze be, nyɔnu, si mebia ta o la, nado gbe ɖa na Mawu mahã? Alo ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mèfia mi bena, ne ɖa legbe li na ŋutsu la; enye ŋukpe nɛ oa? Ke nyɔnu la, ne ɖa legbe li nɛ la, enye bubu nɛ; elabena wotsɔ ɖa legbe nɛ ɖe nutsyɔnu teƒe. Ke ne enyo amea ɖe ŋu be, yeanye dzretɔ la, gake miaƒe nuwɔnawo mele nenem o, eye Mawu ƒe hameawo hã nenema ke.
”Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lolo fa meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, mewɔa nusi medze o, media ye ŋuta tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o; medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi. Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.
”Esime menye vi la, meƒo nu abe vi ene, eye mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.
”Abe alesi wòle le ame kɔkɔewo ƒe hawo katã me ene la, miaƒe nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le takpekpewo me, elabena womeɖe mɔ na wo bena, woaƒo nu o; ke woaɖo to boŋ, abe alesi se ta gblɔ ene. Ke ne wole didim be, yewoasrɔ̃ nane ta, mina woabia woawo ŋutɔ srɔ̃wo le aƒe me, elabena medze nyɔnuwo bena, woaƒo nu le takpekpe me o. Alo ɖe mia mee mawunya dzɔ tsoa? Alo miawo ɖeɖe gbɔ wòva loo? Ke ne amea ɖe bua eɖokui nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmeme la, nedze si nusiwo meŋlɔ ɖo ɖe mi la bena, Aƒetɔ la ƒe sededewoe. Ke ne amea ɖe medze sii o la, negadze sii o!
”Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa? Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ. Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi, eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“
”Elabena metsɔ Mawu ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu, elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matso ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo.
”Ke mele gbɔgblɔm be: Ŋkeke alesi domenyila enye ɖevi la, vovoa ɖeke mele eya kple kluvi dome o, wònye eyae nye nuwo katã ƒe aƒetɔ hafi; ke boŋ ele amenyilawo kple aƒedzikpɔlawo te halase ɣeyiɣi, si fofoa ɖo ɖi la dzi.
”Ke esi míenye viwo ŋuti la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ, si le ɣli ɖom be; Aba, Fofo la, ɖo ɖe míaƒe dziwo me. Eyata meganye kluvi o, ke boŋ vi nènye; ke ne ènye vi la, ekema Mawu ƒe domenyila hã nenye le Kristo me.
”bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,
”Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla. Gake la alesi hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la, nenema ke nyɔnuwo hã nawɔ na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo le nuwo katã me. Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene, bene yeakɔ eŋu, esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me megbe la, bene ye ŋuta natsɔe aɖo tsitre na eɖokui wòanye ŋutikɔkɔehame, si ŋuti ɖiƒoƒoa ɖeke alo ayilélea ɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke naganɔ o, ke boŋ la, bene wòana kokoe, eye mokakaa ɖeke naganɔ eŋuti o; Nenema ke wòle na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui; elabena amea ɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi, abe alesi Aƒetɔ la wona na hame la ene; elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso. „Eyata ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la katã woanye ŋutilã ɖeka. Nya ɣaɣla sia lolo, ke nye la mele egblɔm le Kristo kple hame la ŋuti. Ke miawo hã mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyanu la nasi srɔ̃a ɖa.
”Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. „Bu fofowò kple dawo,“ — esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la — „bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“ Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke miayi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.
”Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene. Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o. Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le nusianu me; elabena esia dze Aƒetɔ la ŋu nyuie. Mi fofowo la, migado dziku na mia wo, bene dzika nagatso wo ƒo o.
”ke miefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene,
”eye mienyae hã bena, abe alesi fofo wɔna na viawo ene la, nenema ke míewɔ na mia dome amesiame: Míexlɔ̃ nu mi, eye miefa akɔ na mi,
”Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o, ke nusi dze nyɔnu, siwo nua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawo leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me. Nyɔnu la nasrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi kple toɖoɖo katã me. Ke nyemeɖe mɔ na nyɔnu be, wòafia nu, eye wòaɖu ŋutsu dzi o, ke boŋ wòalé eɖokui kpoo. Elabena womè Adam gbã, emegbe la Xawa? Eye womeble Adam o, ke nyɔnu lae woble, eye wòge ɖe vodada me. Ke woaɖee to vidzidzi me, ne ena xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔ̃kɔewɔwɔ kpakple ɖokuidziɖuɖu me.
”Azɔ la ele na dzikpɔla bena, mokaka naganɔ eŋu o: Wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ɖokuidziɖula, ame ɖɔŋuɖo, nudzeamewɔla, amedzrowɔla, amesi nya nufiafia; menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o, amesi kpɔa ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie, amesi si vi ɖotowo le, eye wòléa eɖokui nyuie; — ke ne amea ɖe menya alesi wòa kpɔ ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi o la, aleke wòakpɔ Mawu ƒe hame la dzi mahã? —
”Nenema ke nyɔnuwo hã nalé wo ɖokui nyuie: Woaganye ameŋuzɔlawo o, woanye amè ɖɔŋuɖowo, nuteƒewɔlawo le nusianu me. Subɔlawo nanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, eye woakpɔ wo viwo kple woa ŋutɔwo ƒe aƒewo dzi nyuie.
”Megawo ɖe ame tsitsi ta o, keboŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene, nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me. Bu ahosi, siwo nye ahosi vavãwo! Ke ne viwo alo mamayɔviwo le ahosia ɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawo nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzia wo: elabena esia nyo le Mawu ŋku me.
”Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.
”Megatia ahosi, si mexɔ ƒe blaade haɖe o la o: Amesi nye ŋutsu ɖeka srɔ̃, amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome. Ke gbe ahosi, siwo metsi haɖe o; elabena ne wodze ha ɖe Kristo ŋuti la, wodina be, yewoaɖe srɔ̃, eye fɔbubu sia li na wo bena, wotrɔ gbã nyateƒetɔnyenye la. Eye wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; eye menye, kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm. Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o. Elabena amea ɖewo trɔ xoxo dze Abosam yome. Ke ne ahosiwo le ŋutsu xɔsetɔa ɖe alo nyanu xɔsetɔa ɖe si la, wòakpe ɖe wo ŋuti, eye woaganye agba na hame la o, bene hame la nate ŋu akpe ɖe amesiwo nye ahosi vavãwo la ŋuti.
”Ke wò la nɔ nusiwo nesrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me; elabena ènya amesiwo gbɔ nèsrɔ̃e le, eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.
”Amesi ke nye mokaka manɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, amesi si vi xɔsetɔ, siwo nu wometso be, wòwɔa nu vlo alo womeɖoa to o la le.
”bene woaxlɔ̃ nu ɖetugbiwo, ne woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo, woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.
”eye wònye Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wokpe la me;
”Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.
”eye mieŋlɔ nuxɔxlɔ̃, si ƒoa nu na mi abe viwo ene la be, eyae nye be: „Vinye, megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò, ne eka ŋku me na wò o; elabena amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si woxɔna la, kple atam.“ Ne miedo dzi le tohehe me la, Mawu awɔ ɖe mia ŋu abe viwo ene; elabena vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã? Ke ne mimekpɔ tohehe, si gomekpɔlawo wo katã wonye o la, ekema ahasiviwo míenye, eye menye vi vavãwo míenye o. Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã?
”Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.
”Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.
”Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, eye mia dome amea ɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã? Nenema ke xɔse hã, ne dɔwɔwɔwo mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me.
”Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia dokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne amea ɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyaa ɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la, amesiwo ƒe lekewɔwɔ naganye gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo kple awudodo me o, ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me. Elabena nenema ke nyɔnu kɔkɔewo hã, amesiwo kpɔ mɔ na Mawu la, wɔ leke na wo ɖokui tsã, eye wobɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔwo srɔ̃wo, abe alesi Sara ɖoa to Abraham, eye wòyɔnɛ be aƒetɔ la ene, amesi vinyɔnuviwo míezu azɔ, ne miewɔa nu nyui, eye míeyɔa ŋɔdzidodoa ɖeke o. Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene míagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o. Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.
”Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.
”Míawo la míenyae be, mieto ku me heyi ɖe agbe lãme; elabena míelɔ̃a nɔviwo. Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me. Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o. Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, miatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta. Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?
”Dzi dzɔm ŋutɔ bena, mekpɔ viwòwo dometɔa ɖewo le nyateƒe la me zɔm, abe alesi miexɔ se tso Fofo la gbɔ ene.
”Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.
”Eye wokpɔ dzesi gãa ɖe le dziƒo: Nyɔnua ele do ɣe, eye ɣleti le eƒe afɔ te, eye ɣleti wuieve ƒe fiakuku le eta, eye fu le eƒo, eye wòle ɣli dom le fuɖuame ŋuti, eye vidzidzi nye do nɛ. Eye wokpɔ dzesi bubua ɖe le dziƒo, eye kpɔ ɖa, ʋɔ driba dzi gãa ɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye fiakuku adre le eƒe tawo. Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami. Eye wòdzi ŋutsuvi, si latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã; eye wotsɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ. Eye nyɔnu la si yi gbedzi, afisi Mawu dzra teƒea ɖe ɖo ɖi nɛ le, bena woanyii le afima ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.
”Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo. Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo. Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.
”Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.
”Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adre, siwo yɔ fũ kple fuwɔame mamletɔ adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka va, eye wòƒo nu kplim gblɔ bena: Va abi, ne mafia ŋugbetɔ, si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò!
”Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.
”