25 – Ga

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Ga.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Mateo 6:19-21

Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia, nu le la o; ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo dua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpo va fia nu le o: elabena afisi wò nu nyui le la, afima wò dzi hã lanɔ.

Timoteo I 6:6-10

Ke mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã. Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atso naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí. Ke amesiwo ɖina be, yewoayi kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsoa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ amea ɖewo ɖi, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.

Marko 10:23-27

Eye Yesu tsa ŋku godoo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke gbegbe wosẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee! Ke nusrɔ̃lawo tsi yaa le eƒe nyawo ŋuti. Eye Yesu gaxɔ edzi gblɔ na wo bena: Viwo, esẽ bena, amesiwo ɖoa dzi ɖe kesinɔnuwo ŋuti la, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me! Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me, wu alesi kesinɔtɔwo nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee. Eye kuvia ɖo wo ŋuta, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã? Eye Yesu kpɔ wo du gblɔ bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; gake Mawu gbɔ la woate ŋui; elabena woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 384 kpukpuiwo

Mose I 4:3-5

Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenua ɖewo wɔ vɔsae na Yehowa. Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu; ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o. Eye Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã.

Mose I 13:2

Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.

Mose I 13:6

Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o.

Mose I 14:20

Eye woakafu Mawu dziƒoʋĩtɔ, si tso wò futɔwo ɖe asi na wò la! Tete Abram tso nuawo katã ƒe ewolia ne.

Mose I 24:35

Yehowa yra nye aƒetɔ wòkpɔ nu ŋutɔ, eye wòna alẽwo kple nyiwo, klosalo kple sika, kluviwo kple kosiviwo, kpo-sɔwo kple tedziwoe.

Mose I 24:53

Eye dɔla la ɖe klosalo- kple sikanuwo kple avɔ veviwo na Rebeka, eye wotsɔ akpedanu xɔasiwo na nɔvia kple dadaa.

Mose I 26:12-14

Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae. Ale ŋutsu la kpɔ nu gakpɔ nu ɖe dzi, vaseɖe esime woɖo kpo le eme. Eye wòkpɔ alẽhawo kple nyihawo hekpe ɖe kluvi geɖewo ŋuti, ale bena Filistitowo ʋã ŋui.

Mose I 28:22

Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.

Mose I 41:49

Eye Yosef tu bliawo ɖo wòsɔ gbɔ ŋutɔ abe ƒutake ene, ale bena womagate ŋu adzidzee o, eye wodzudzɔ edzidzedzidze.

Mose I 41:56-57

Eye esi ɖɔ to le afiawo katã la, Yosef ʋu blivawo katã, eye wòdzra blia na Egiptetɔwo. Eye dɔ la nu le sesẽm ɖe dzi le Egipte-nyigba la dzi. Eye amewo tso afiawo katã va Egipte, be woaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ le afisiafi.

Mose I 47:12

Eye Yosef tsɔ nuɖuɖu kpɔ fofoa, nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã dzi, amesiame kple evia.

Mose I 47:13-21

Ke nuɖuɖua ɖeke megale anyigba blibo la dzi o, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ, eye dɔwuame na Egipte kple Kanaan-nyigba dzi ƒu. Mlɔeba la Yosef ƒo ga, siwo Egiptetɔwo kple Kanaantɔwo tsɔ ƒle bli le esi la, nu ƒu, eye wòtsɔ ga la yi Farao ƒe mee. Ke esi ga megale Egipte kple Kanaan-nyigba dzi o la, Egiptetɔwo katã va Yosef gbɔ, eye wogblɔ bena. Na nuɖuɖu mi, nukaŋuti míaku ɖe gbɔwò? Elabena ga vɔ! Yosef ɖo ŋu bena: Ne ga vɔ le mia si la, ekema mikplɔ miaƒe lãhawo ve, eye mana nuɖuɖu mi ɖe wo teƒe! Tete wokplɔ woƒe lãhawo ve na Yosef, eye Yosef na bli wo ɖe woƒe sɔwo, alẽhawo kple nyihawo kple tedziwo teƒe, eye wòtsɔ bli kpo wo dzi le ƒe ma me ɖe woƒe lãhawo teƒe. Ƒe sia va yi. Le ƒe bubu me la wogava egbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nyaa ɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo ge ɖe mía aƒetɔ si me. Naneke megali miatsɔ na mía aƒetɔ o, negbe mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo koe susɔ. Nukaŋuti miaku ɖe gbɔwò? Tsɔ bli ƒle mia kple míaƒe agblenyigbawo, bena mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo nanye Farao tɔ! Na bli mí, bena míatsi agbe, eye miagaku, ne míaƒe agblenyigbawo nagazu afuti o. Tete Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblewo katã na Farao. Eye Egiptetɔwo dome amesiame tsɔ eƒe agblenyigba dzra, elabena dɔwuamea nu sẽ ŋutɔ; ale anyigba la katã zu Farao tɔ. Eye eƒe dukɔ la katã zu awɔbamewo tso Egipte ƒe go ɖeka me yi go bubu me.

Mose II 3:22

ke nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le eƒe aƒelika kple eƒe me medzrowo si, eye miatsɔ wo aɖo atsyɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo. Ale miaha Egiptetɔwo enye si!

Mose II 16:4-5

Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, mana abolo nadza atso dziƒo na mi, eye dukɔ la nado gbesiagbe aɖafɔe ɖe ŋkeke ɖeka ƒe ɖuɖu nu, bena mado wo akpɔ be, woazɔ de nye seawo nu loo, alo womazɔ ɖe enu o. Eye ne woada nusi wofɔ va aƒe me le ŋkeke adeagbe la, ekema; adzi ɖe dzi agaɖe nusi wofɔna gbesiagbe la nu.

Mose II 16:19-20

Eye Mose gblɔ na wo bena: Amea ɖeke megagblẽ ɖeke ɖiŋu nake ɖe edzi o! Ke womeɖo to Mose o, eye amea ɖewo gblẽe ɖi ŋu ke ɖe edzi; gake wòdze nyẽ, eye wòƒaƒã. Tete Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu.

Mose II 20:15

Megafi fi o.

Mose II 20:17

Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi to la ƒe ɖeke dzi o.

Mose II 20:23

Migawɔ mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋunye o; migawɔ ɖeke o, eɖanye klosalolegba alo sikalegba o.

Mose II 21:16

Amesi ke afi lãme adzra, alo woakpɔe le esi la, woawui.

Mose II 22:7-8

Ne amea ɖe dzra ga alo nuwo ɖo de nɔvia gbɔ, eye wofii le amea ƒe me, ne wokpɔ fiafitɔa la, ekema wòaɖo eteƒe zi eve. Gake ne womekpɔ fiafi la o la, ekema woakplɔ aƒeatɔ ava Mawu ƒe ŋku me, be eya ŋutɔe ɖo asi nɔvia ƒe nua dzi loo, alo menye eya ŋutɔe o.

Mose II 22:25

Ne edo ga na nye dukɔ la dome ame dahea ɖe si le gbɔwò la, megaɖi kasae o, eye megabia deme hã le esi o.

Mose II 25:2

Gblɔ na Israel-viwo bena, woadzɔ nu nam. Midzɔ nu nam le amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la si.

Mose II 35:5

Midzɔ nusiwo le mia si la na Yehowa Amesiame, si lɔ tso dzime faa la, nadza nu na Yehowa: sika, klosalo kple akɔbli;

Mose II 35:22

Ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la, tsɔ alɔnugawo, togɛwo, asigɛwo, sikakɔdzonuwo kple sikatsyɔ̃nu vovovowo vɛ. Eye amesiame tsɔ sika wɔ adzɔgbeɖenui na Yehowa.

Mose II 36:5-7

eye wogblɔna Mose bena: Dukɔ la na nu geɖe wu alesi ɖɔ, si Yehowa gblɔ be, woawɔ la, bia. Tete Mose na wodo kpo le asaɖa la me be: Eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, amea ɖeke megadzɔ nu hena kɔkɔeƒe la ŋu dɔwɔwɔ o! Ale dukɔ la dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ. Elabena nuawo sɔ gbɔ na dɔ blibo la wɔwɔ: wode gbɔ dzi gɔ̃ hã.

Mose III 6:2-3

Ne amea ɖe da ƒu, eye meɖi anukware na Yehowa o, eye wosẽ nu le nu, si nɔvia ɖa ɖe egbɔ alo ɖo awɔba nɛ la ŋuti, eda adzoe alo wòtafa nɔvia, esẽ nu le nusi wòfɔ la ŋu, alo wòka aʋatso heta nu, le vo, si wòda ɖe nɔvia ŋu me la;

Mose III 19:9-11

Ne mieŋe nukuwo le miaƒe agble me la, ekema megaŋe wo vaseɖe boto ke o, eye megafɔ nusiwo dudu la o. Megaxa wò weingblemenuwo ƒiaƒiaƒia o, eye megafɔ tsetse, siwo dudu ɖe anyi hã o: ke boŋ gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu! Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.

Mose III 19:13

Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.

Mose III 19:35-36

Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye migaba ame le dzidzeka, nudanu kple nudonui me o. Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo, efa blibo kple hin blibo nanɔ mia si. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi.

Mose III 23:22

Ne mieŋe nu le miaƒe anyigba dzi la, migaŋe nukuawo vaseɖe boto ke o, eye migafɔ nusiwo dudu de anyi o; ke boŋ migblẽ wo di na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Mose III 25:3-5

Ƒe ade naƒã nu ɖe wò agble me, eye ƒe ade naɖe wò weinkawo ŋu, eye naƒo agblemenuwo nu ƒu. Ke le ƒe adrelia me la anyigba la nagbɔ ɖe me na Yehowa, ma ƒã nu ɖe wò agble me o, eye màɖe wò weinkawo ŋu hã o. Maŋe nusiwo mie ɖe flu me o, eye màxa weintsetse le weinka, siwo ŋu meɖe o la dzi o; ke boŋ anyigba la nagbɔ ɖe me le ƒe la me.

Mose III 25:8-12

Eye naxlẽ dzudzɔƒe adre; ƒe adre teƒe adre naxlẽ, ale bena dzudzɔƒe adre la nade ƒe blane vɔ asieke. Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi woaku kpẽ atsae; le avulégbe la dzi woaku kpẽ atsa le miaƒe anyigba blibo la dzi. Miakɔ ƒe blaatɔ̃lia ŋu, eye miaɖe gbe ƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na anyigbadzitɔwo katã; aseyetsoƒe wòanye na mi, eye amesiame nagaxɔ eƒe nuwo, eye amesiame nagagbugbɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbe. Ƒe blaatɔ̃lia nanye aseyetsoƒe na mi, miaƒã nu o, eye míaŋe nusiwo mie ɖe flu me o, eye miaxa weintsetse le weinka, siwo ŋu mieɖe o la dzi o. Aseyetsoƒe wònye, eye eŋu nakɔ na mi; ke miekpɔ mɔ aɖu agblemenuawo.

Mose III 25:35

Ne nu vɔ le nɔviwò si, eye wòdo ko la, ekema kpe ɖe eŋu, eye naxɔe abe amedzro alo gbɔwò me ene, bena wòanɔ agbe le gbɔwò.

Mose III 25:36-37

Megabia deme le esi o, eye megaɖi kasae o, bena nɔviwò nanɔ agbe le gbɔwò. Megado ga ne ɖe deme dzi o, eye: ne etsɔ nuɖuɖu ne la, megabia xɔɖedzi o.

Mose III 27:30

Anyigba dzi nuwo katã ƒe mamã ewoliawo ɖeka nye Yehowa to, eɖanye agblemenuwo alo kutsetsewo o, nu kɔkɔewo wonye na Yehowa.

Mose IV 18:20-21

Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Naneke manye tɔwo le woƒe anyigba dzi o, eye makpɔ gomea ɖeka le wo dome o, elabena nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel-viwo dome: Eye metsɔ nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka na Lewi-viwo, bena wòanye wo tɔ le Israel, ɖe woƒe ɖɔ, si wole wɔwɔm le Mawu ƒe agbadɔ ŋu la ta.

Mose IV 18:25-29

Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena: Gblɔ na Lewitɔwo be: Ne miexɔ nuwo ƒe ewoliawo ɖeka, si mexɔ le Israel-viwo si na mi, be wòanye miaƒe domenyinu le wo si la, ekema miɖe ewoliawo ɖeka le eŋu na Yehowa Wòabu adzɔ, si miana la, abe mia ŋutɔwoe xa agblemenu, eye mieha wein ene. Ale miade adzɔ le nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka, siwo miaxɔ le Israel-viwo si la, ŋu na Yehowa, eye miatsɔ Yehowa ƒe adzɔ la ana nunɔla Aron. Miɖe nusiwo katã woana mi la, ƒe nyuitɔwo wɔ adzɔ na Yehowa abe nunana kɔkɔe ene.

Mose IV 27:4-11

Nukaŋuti mía fofo ŋkɔ atsrɔ̃ le eƒe ƒome la me, le esi viŋutsu mele esi o ta? Eyata na anyigba mi ɖe mia fofo nɔviwo dome. Eye Mose tsɔ woƒe nya la va Yehowa ŋku me. Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Zelofxad-vinyɔnuawo gblɔe ɖe teƒe; eyata na domenyinu wo ɖe wo fofo nɔviwo dome, eye nana wo fofo ƒe, domenyinu nayi ɖe wo si me. Eye nagblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsua ɖe ku, eye viŋutsu mele esi o la, ekema eƒe domenyinu nayi ɖe vianyɔnu si me. Ke ne vinyɔnua ɖeke mele esi o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na nɔviaŋutsuwo. Ne nɔviŋutsua ɖeke mele esi o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na fofoa nɔviŋutsuwo. Ke ne nɔviŋutsua ɖeke mele fofoa si o la, ekema mitsɔ eƒe domenyinu na eƒe ƒometɔ kekeake, amesi te ɖe eŋu le eƒe ƒome la me, eya nanyi doame. Wòanye se kple ɖoɖo na Israel-viwo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

Mose IV 31:50

Eyata mietsɔ sikanu, siwo amesiame ha la vɛ, be miana Yehowa, woawo nye: abɔkpowo, alonugɛwo, asigɛwo, togɛwo kple kɔdzonuwo, ne míalé avu na mía ɖokui le Yehowa gbɔ.

Mose IV 36:9

Eye anyigba matso to ɖeka si ayi ɖe to bubu si me o, boŋ Israel-viwo ƒe toawo dome ɖesiaɖe nalé eƒe anyigba ɖe asi.

Mose V 5:19

Megafi fi o.

Mose V 5:21

Hawòvi srɔ̃ megabiã ŋu na wò o, eye hawòvi ƒe aƒe kple eƒe agble, eƒe dɔlaŋutsu kple eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu kple eƒe tedzi kpakple nusianu, si nye hawòvi to la, ƒe ɖeke megabiã ŋu na wò o.

Mose V 8:9

anyigba, si dzi nakpɔ nu geɖe aɖu le, eye naneke mahiã wò o, anyigba, si ƒe kpewo nye ga yibɔ, eye naku ga tso towo me.

Mose V 8:12-18

eye naɖu nu aɖi ƒo, atu xɔ nyuiwo ano me, wò nyiwo kple alẽwo nadzi ɖe dzi, klosalo kple sika nasɔ gbɔ ɖe asiwò, eye wò nuwo katã nadzi ɖe dzi avɔ tso, hafi nado ɖokuiwò ɖe dzi, eye naŋlɔ Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi la be o; eye naŋlɔ amesi kplɔ wò to gbe gã dziŋɔ ma dzi, afisi da vɔ̃wo kple dziɖegbewo le, afisi tsi vena le, eye wòna tsi ɖo tso agakpe sesẽ la me, amesi tso mana, si mia kple fofowòwo mienyã o la, nyro wò le gbeadzi, ne woabɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòado wò akpɔ, be wòava wo nu nyui na wò emegbe la be o. Eye megabu le ɖokuiwò me be: Nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple nye asi sesẽe metsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe o; ke boŋ ɖo ŋku Yehowa, wò Mawu la dzi, elabena eyae na ŋusẽ wò, be nakpɔ kesinɔnuwo, ne wòawɔ nusi wòbia kple fofowòwo la dzi, abe alesi wòzu egbe siawo ene.

Mose V 10:17-18

Elabena Yehowa, mia Mawu la, enye mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le, amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnua ɖeke o; amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae.

Mose V 12:6

afima miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, miaƒe adzɔgbeɖe-nunanawo kple nusiwo miena le mia ɖokui si, kpakple nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ayii.

Mose V 12:11

ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,

Mose V 12:17

Mekpɔ mo ano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple ami ƒe ewolia, wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, nusiwo katã nèɖe adzɔgbe na kple nusiwo nana le ɖokuiwò si kpakple adzo, si wò asi na la, le wò duwo me o.

Mose V 14:22-23

Na wò agblemenuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ, eye nano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple wò ami ƒe ewolia kpakple wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nanɔ la, ne nanya alesi nava Yehowa, wò Mawu lae ɣesiaɣi.

Mose V 15:1-3

Le ƒe adrelia sia ƒe adrelia me la woatsɔ fe ake. Ale woatsɔ fe ake enye si: Ne amea ɖe ɖo nu na nɔvia la, wòatsɔ fe la ake, mekpɔ mɔ ali fe ehavi alo nɔvia o, elabena Yehowa na be, woaɖe gbe ƒã be, woatso fe ake. Ekpɔ mɔ ali fe du bubu me tɔwo, gake megali nusi nèdo na noviwò la ƒe fee o.

Mose V 15:6

Elabena Yehowa, wò Mawu, ayra wò, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, ale be nado agbana na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ màdo nugbana o, aɖu amegã ɖe dukɔ geɖewo dzi, ke woawo maɖu amegã ɖe dziwò o.

Mose V 15:7-8

Ne nɔviwòwo dometɔa ɖe da ahe le wò dua ɖe me le wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasẽ wò dzime, eye namiã asi ɖe noviwò dahe la o; ke boŋ naʋu wò asi nɛ, eye naɖo nugbana nɛ, abe alesi hiãe ene.

Mose V 15:9-11

Kpɔ nyuie, bena tamesusu dzodzroa ɖeke magava wò dzime, eye nagblɔ bena: ƒe adrelia tu aƒe, eye wole fe tsa ge ake, eye natre ŋku ɖe noviwò dahe la agbe nunanae o; ne wòagayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatro zu nuvɔ̃ na wò o; ke boŋ nae faa, eye megave wò, bena nènae o, elabena esia ta Yehowa, wò Mawu, yra wò le wò dɔwɔwɔwo katã kple nusiwo nèwɔ dɔ kpɔ la me. Elabena ame dahe magbe wò anyigba dzi nono o, eyata mede se na wò gblɔ bena: Ʋu wò asi na nɔviwò, si hiã tui, eye wòɖo ko le wò anyigba dzi la.

Mose V 16:10

Emegbe naɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, eye nana nusi su asiwò la faa, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yra wò nèkpɔe ene.

Mose V 16:17

Amesiame nana nusi su esi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yrae ene.

Mose V 17:17

Fia nagaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatre mɔ o, eye klosalo kple sika geɖe akpa hã meganɔ esi o.

Mose V 18:2

Womaxɔ domenyinua ɖeke ɖe wo nɔviwo dome o, elabena Yehowa ŋutɔe nye woƒe domenyinu, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene.

Mose V 19:14

Megage nɔviwò ƒe liƒo, si tɔgbuiwòwo ɖe ɖe wò anyigba dzi, be wòanye wò domenyinu le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tɔwo la dzi, ɖe eme o.

Mose V 23:19-20

Megaxɔ deme le nɔviwò si o, eɖanye ɖe ga alo nuɖuɖu alo nusianu, si woaɖo woaxɔ deme ɖe dzi la dzi o. Ekpɔ mɔ axɔ deme le du bubu me tɔwo si, ke megaxɔ deme le nɔviwò si o, bena Yehowa, wò Mawu, nayra wò le nusiwo katã netsɔ wò asi wɔ dɔ kpɔ la me, le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò la dzi.

Mose V 24:7

Ne wole amea ɖe, si fi nɔvia Israel-viwo dometɔa ɖe, eye wòsẽ ŋuta le eŋu hetsɔe dzra la, ekema woawu hafi la Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.

Mose V 24:21

Ne èxa nu le wò weingble me la, megava tsa le eme ƒiaƒiaƒia o, ke boŋ amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo tɔ wònye.

Mose V 26:9-11

eye wòkplɔ mí va afisia hetsɔ anyigba sia, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mí. Azɔ kpɔ ɖa, agblemenu, siwo nenam la, ƒe ŋgɔgbeawo nye esi metsɔ vɛ na wò, Yehowa. Eye natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋku me ahade ta agu ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋku me. Eye mia kple Lewito kpakple amedzro, si le gbɔwò la, míakpɔ dzidzɔ le nu nyui, siwo katã Yehowa, wò Mawu, na wò kple aƒewò me towo la ŋuti.

Mose V 26:12-13

Ne èƒo wò nuwo katã ƒe ewolia nu ƒu le ƒe etɔ̃lia me vo, eye nètso wo na Lewitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, be woaɖu nu aɖi ƒo le wò duwo me la, ekema nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku me bena: Meɖe nu kokoe ɖa le aƒenye me, eye metsɔe na Lewitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, abe alesi nede se nam pɛpɛpɛ ene, eye nyemeda wò seawo dzi alo ŋlɔ wo be o.

Mose V 28:11-12

Eye Yehowa ana wò kesinɔnuwo kple wò dɔmevi, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi. Yehowa aƒo eƒe nu nyuiwo nu ƒu na wò, aʋu dziƒo nu, be tsi nadza ɖe wò anyigba dzi le edzaɣi, eye woayra wò asinudɔwɔwɔwo katã, ale be nado nu na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ mado nugbana o.

Yosua 6:19

Ke klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo katã ŋu kɔ na Yehowa, eye woatsɔ wo ava Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la.

Yosua 13:33

Ke Mose mena anyigbaa ɖeke Lewi-to la o, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ŋutɔ nye woƒe domenyinu, abe alesi wògblɔ na wo ene.

Samuel I 2:7-8

Yehowa wɔa ahetɔ kple kesinɔtɔ, eyae ƒua ame anyi, eye wògafɔa ame ɖe dzii. Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.

Samuel II 12:1-6

Tete Yehowa dɔ Natan ɖo ɖe Dawid, eye wòva egbɔ gblɔ nɛ bena: Ŋutsu eve wole du ɖeka me, ɖeka kpɔ ho, ke ɖeka ɖo ko. Alẽ kple nyiwo le kesinɔtɔ la si fũ. Ke naneke mele ame dahe la si o, negbe alẽvi sue ɖeka, si wòƒle la ko; eye wònyii wòtsi kple viawo le egbo. Eɖua eƒe nu alɔgomedede la ƒe ɖe, eye wònoa tsi le eƒe tre nu, edoa alɔ̃ ɖe eƒe akɔ nu, eye wòle nɛ abe vianyɔnu ene. Ke esi mɔzɔlaa ɖe va dze kesinɔtɔa la, eƒe alẽwo kple nyiwo dometɔ ɖeka lelé ɖa na amedzro, si va dze egbɔ la vee, eye wòlé ame dahe la ƒe alẽvia heɖa na ŋutsu, si va dzee. Tete dzi ku Dawid vevie ɖe ŋutsu la ŋu, eye wògblɔ na Natan hena: Meta Yehowa ƒe agbe, ŋutsu, si wo nusia la, dze ku; eye wòaɖo alẽvi la teƒe zi ene, le esi wòwɔ nusia, eye ame ƒe nu mevee o ta.

Samuel II 24:24-25

Ke fia la gblɔ na Arawna bena: Kpao, ke boŋ maƒlee le asiwò kple ga, eye nyemasa numevɔ na Yehowa, nye Mawu la, dzodzro o. Ale Dawid ƒle lugbɔƒe kple nyiawo klosalo sekel blaatɔ̃. Tete Dawid ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ. Eye Yehowa se gbe, si wòdo ɖa ɖe anyigba la ta, eye dɔvɔ̃ la nu tso le Israel.

Fiawo I 6:21-22

Salomo fa sika nyuitɔ ɖe xɔ la me, eve wotso sika kɔsɔkɔsɔ tso ga ɖe megbexɔ, si ŋu wofa sika ɖo la nu. Efa sika ɖe xɔ blibo la ŋu vaseɖe xɔ la ƒe mlɔenu, eve wòfa sika ɖe vɔsamlekpui, si le megbexɔa nu la, ŋu blibo.

Fiawo I 6:30

Eye wòfa sika ɖe xɔwo kple eve ƒe anyigba.

Fiawo I 7:48-50

Eye Salomo wo Yehowa ƒe xɔ la me nuwo katã, siwo nye sikavɔsamlekpui la kple sikakplɔ̃, si dzi ŋkumeɖobolo nɔna; etso sika nyuitɔ wo akaɖitiwo, wo ame alɔ̃ le ɖusi me, eye wo ame atɔ̃ le mia me le megbexɔ la ŋgɔ, eye wotsɔ sika wɔ seƒoƒoawo, akaɖigbɛawo kple ɖovulãnuawoe. Etsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, hɛwo, ʋutrewo, gatsiwo kple nutɔgbawoe, eye wòtsɔ sika wɔ xɔ emetɔ, si nye kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋu ʋɔtru kple dodonuxɔ la ƒe ʋɔtru ŋuti megbegawoe.

Fiawo I 10:14

Sika, si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe dadame le sika talento alafa ade kple blaade vɔ ade;

Fiawo I 10:21-23

Fia Salomo ƒe nunonuwo katã nye sika, eye sika nyuitɔ wotsɔ wɔ Libanon-avexɔ ƒe nuwo katãe, klosaloa ɖeke mele eme o, elabena le Salomo ŋɔli la womebu eya ɖe nemi me hã o. Elabena ʋu, siwo dea Tarsis, le fia la si hekpe ɖe Xiram ƒe ʋuwo ŋu; ʋuawo gbɔna tso Tarsis ƒe etɔ̃ zi ɖeka, eye wohea sika kple klosalo, nyiɖu, kese kple atsaxewo vanɛ. Eye Salomo ɖo kpo ɖe anyigba dzi fiawo katã dzi le kesinɔnu kple nunya gome.

Fiawo I 17:11-16

Esi wòyina eku ge la, eyɔe ɖagblɔ bena: Taflatse, ɖi abolo kakɛa ɖe ɖe asi vɛ nam. Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe: Ne aboloa ɖe le asinye fĩ! Negbe wɔ asiʋlo ɖeka koe le ze me kple ami via ɖe le goe me, eye kpɔ ɖa, meva nake wuwlui fɔ ge, be mayi aɖaɖae, ne mía kple vinyeŋutsu miaɖu, hafi míaku. Tele Eliya ɖo ŋu na bena: Megavɔ̃ o! Yi nawɔ, abe alesi negblɔ ene; ke tsɔ ɖe tɔ tatali via ɖe nam gbɔ, eye natsɔe vɛ nam, emegbe hafi nawɔ mia kple viwò lɔ. Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Wɔze la maɖi gbolo o, eye ami, si le goea me la, mavɔ o, vaseɖe esime Yehowa nana tsi nagadza ɖe anyigba dzi. Eye wòyi ɖawɔ, abe alesi Eliya gblɔ ene, eye woa kplii kpakple viaŋutsu woɖui eteƒe didi. Wɔze la meɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, meva o, la Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Eliya dzi la nu.

Fiawo II 4:2-7

Elisa gblɔ ne be: Nuka mawɔ na wòa? Gblɔe nam, nuka le asiwò le aƒe me? Edo ŋu be: Naneke mele wò dɔla si le aƒe me o, negbe amigoe ɖeka ko. Eye wògblɔ be: Yi gbɔdome naɖaɣe goewo le wò aƒelikawo katã si; goe gbɔlowo woanye, eye wòasɔ gbɔ. Emegbe nayi xɔ me ado ʋɔ ɖe mia kple viwòŋutsuwo nu, eye naku ami la de goeawo katã me; ne ɖeka yɔ la, natee ɖe axa dzi. Eye wodzo le egbɔ ɖado nɔ de eya kple viaŋutsuwo nu, woawo le goeawo tsɔm nɛ, eye wòle ekum ɖe wo me. Esime goeawo yɔ vɔ la, egblɔ na viaŋutsu be: Gatsɔ goe ɖeka ɖo dem. Eɖo ŋu nɛ be: Goea ɖeke megali o. Tete ami la nu tso. Tete woɖagblɔe na Mawu ƒe ame la. Eɖo ŋu nɛ be: Yi ɖadzra ami la, ne natsɔ axe ŋuwò fewoe, eve natsɔ susɔea anyi mia kple viwowoe.

Fiawo II 18:15-16

Eye Xizkiya tsa klosalo, siwo katã wòkpɔ le Yehowa ƒe aƒe me kple fia ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe la hena. Ɣemaɣi Xizkiya flo sika, siwo Yuda-fia Xizkiya fa ɖe Yehowa ƒe xa ƒe ʋɔtruwo kple sɔtiwo ŋu la, eye wòtsɔ wo na Asur-fia.

Fiawo II 24:13-14

Eye wòlɔ Yehowa ƒe me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe me kesinɔnuwo katã tso afima, eye wògbã sikanu, siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, abe alesi Yehowa gblɔ ene. Eɖe aboyo Yerusalem blibo la kple amegãwo katã kpakple aʋawɔlawo katã, atikpalawo katã kple nutulawo. Aboyomeawo le ame akpe ewo, amea ɖeke mekpɔtɔ o, negbe dukɔ hahoo la ƒe ame dahewo ko.

Kronika I 4:10

Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.

Kronika I 12:40

Eye amesiwo tsɔ ɖe wo gbɔ kpuie va ke ɖe Isaxar, Zebulon kple Naftali la, wotsɔ abolowo ɖo tedziwo, kposɔwo, tedzisɔwo kple nyiwo dzi vɛ, wohe nuɖuɖu, siwo wotsɔ wɔ ɖae, gbotitsetsebolo kple weintsetsebolo, wein kple ami, nyiwo kple alẽwo vɛ kpaŋkpaŋ, elabena dzidzɔ nɔ Israel.

Kronika I 22:14

Kpɔ ɖa, medze agbagba ƒo sika talento akpe alafa kple klosalo talento akpe teƒe akpe nu ƒu ɖe Yehowa ƒe xɔ la ŋu hekpe ɖe akɔbli kple gayibɔ, siwo mele dada me o la ŋuti, wosɔ gbɔ ŋutɔ; meƒo atiwo kple kpewo nu ƒu, eye nadi bubuwo akpe de wo ŋu!

Kronika I 29:2-3

Metso nye ŋusẽ katã dzra ɖo ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu; sika ɖe sikanuawo ŋu, klosalo ɖe klosalonuawo ŋu, akɔbli ɖe akɔblinuawo ŋu, gayibɔ ɖe gayibɔ miawo gu, ati ɖe atinuawo ŋu, soham-kpe, kpe, siwo woatsɔ aɖo awuawo ŋu, kpe yibɔwo, kpe ŋɔŋɔewo, kpe xɔasi vovovowo kpakple kpe ɣiwo wosɔ gbɔ taŋtaŋ. Eye esi wònye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye Mawu ƒe aƒea ŋu ta la, mena nye ŋutɔ nye sika kple klosalo, siwo metu ɖo la, ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la ŋuti la ŋu:

Kronika I 29:7-9

eye wona sika talento akpe atɔ̃, ɖariko akpe ewo, klosalo talento akpe ewo, akɔbli talento akpe wuienyi kple gayibɔ talento akpe alafa ɖeka ɖe Mawu ƒe aƒe ƒe ɖo la ŋu. Eye amesi ke si kpe xɔasi le la, etsɔnɛ na Gerson vi Yexiel, ne woatso awɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe kesinɔnui. Eye dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa la la, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me faa; eye fia Dawid hã kpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o.

Kronika I 29:12

Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nusianu dzi; gãnyenye kple ŋusẽ le asiwò me, eye gbɔwò wòtsona be, amea ɖe nazu gã, eye woakpe ŋusẽ.

Kronika I 29:14

elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.

Kronika I 29:16

Yehowa, mía Mawu, nu gbogbo siawo, siwo mieƒo ƒu, be míatsɔ atu xɔ na wò hena wò ŋkɔ kɔkɔea la, tso asiwò me, eye tɔwòe nye wo katã.

Kronika II 1:11-12

Eye Mawu gblɔ na Salomo bena: Esi nusia le dzi me na wò, eye mebia ho kple kesinɔnu, bubu kple wò futɔwo ƒe ku kpakple wò agbenɔnɔ didi o, ke boŋ nebia nunya kple sidzedze, be ate ŋu aɖu fia ɖe nye dukɔ, si nu metsɔ wò ɖo fia ɖo dzi la, eyata metsɔ nu nya kple sidzedze na wò, eye matsɔ ho kple kesinɔnu kpakple bu bu, siwo menɔ fia, siwo do ŋgɔ na wò si, eye womana esiwo adze yowòme si alea o la, akpe ɖe eŋu na wò.

Kronika II 1:15

Fia la na klosalo kple sika sɔ gbɔ abe kpewo ene le Yerusalem, eye sedertiwo sɔ gbɔ abe gboti, siwo le tagba ene.

Kronika II 31:4-5

Eye wòde se na ameha, si nye Yerusalemtɔwo, bena woana nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe gome wo, ne woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe se la ŋu koŋ. Esi nya sia ɖi wose la, Israel-viwo na bli, wein, ami kple anyitsi kpakple agblemenuwo katã ƒe ŋgɔgbetɔwo, wona nuwo katã ƒe ewoliawo taŋtaŋ.

Nexemya 5:1-13

Eye dukɔ la kple wo srɔ̃wo ƒe ɣli ɖi hoo de wo nɔvi Yudatɔwo ŋuti, Amea ɖewo gblɔ be: Mía viŋuisuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ, ele na mi be, míaƒle bli aɖu, ne míatsi agbe! Amea ɖewo gblɔ be: Míatsɔ míaƒe agblewo, míaƒe weingblewo kple míaƒe xɔwo aɖo awɔba aƒle blii le ɖɔŋɔli la. Eye ame bubuwo gblɔ bena: Míetsɔ míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo ɖo awɔba, bena míate ŋu adzɔ nu na fia la. Azɔ mía nɔviwo ƒe ŋutilã le abe míaƒe ŋutilã ene, eye wo viwo le abe mía viwo ene; kpɔ ɖa, ele na mí be, míatsɔ mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo awɔ kluviwoe, gɔglɔ̃gɔ la mía vinyɔnuwo dometɔa ɖewo zui xoxo, eye ŋusẽa ɖeke mele mía si o, elabena míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo zu eme bubuwo tɔ! Esi mese woƒe ɣli kple nye siawo la, dɔme vem ŋutɔ. Tete mede ŋugble, eye mehe nye ɖe bubumeawo kple amegãwo ŋu gblɔ nu wo bena: Miele mía nɔviwo tafam! Eye meɖi ʋɔnu gãa ɖe ɖe wo ŋu gblɔ na wo bena: Míawo míexɔ mía nɔvi Yudatɔ, siwo wotsɔ dzra na dukɔwo la ƒle, alesi míete ŋui ko la, eye azɔ miawo mietsɔ mia nɔviwo le dzadzram, eye wole wo dzram na mía? Ke wozi kpi, eye womekpɔ nyaa ɖeke ɖo eŋu o. Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea? Mía kple nɔvinyewo kple nye ɖekakpuiawo hã míedo ge kple bli gbana na wo; mina míatsɔ fe la ake wo dzro! Migbugbɔ woƒe agblewo, weingblewo kple amitigblewo kple woƒe xɔwo kpakple ga kple bli, wein kple ami ƒe alafaliawo ɖeka, siwo mieɖo na wo la, na wo egbea! Tete wogblɔ bena Miagbugbɔ wo ana, eye míabia naneke tso wo si o; miawɔ, abe alesi nègblɔ ene! Meyɔ nunɔlawo vɛ, eye mene woka atam be, woawɔ nya sia dzi. Meʋuʋu nye akɔnu gblɔ bena: Ale Mawu aʋuʋu amesiame, si mewɔ nya sia dzi o la, tso ele me kple eƒe nuwo gbɔe, eye alea wòaʋuʋui wòaɖi gbɔlo! Tete ameka blibo la do ŋu bena: Neva me! Eye wokafu Yehowa. Eye dukɔ la wɔ nya sia dzi.

Nexemya 10:34-39

Eye mi nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple dukɔ la míedzidze nu ɖe nakenana dzi, be woatsɔe ava mía Mawu ƒe ate la me ƒe sia le le aƒekɔwo nu le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi, ne woatsɔ ado dzoe ɖe Yehowa, mía Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi, abe alesi woŋlɔe de se la me ene Woatsɔ agblemenu gbãlɔwo kple ati vovovowo ƒe tsetse ɖesiaɖe ava Yehowa ƒe aƒe la me le sia ƒe. Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene. Míatsɔ míaƒe amɔwɔ kple míaƒe nudzɔdzɔ, kutsetse vovovowo, wein kple ami ƒe gbãlɔwo avae na nunɔlawo le xɔwo me le mia Mawu le aƒe la me, eye míatsɔ míaƒe agblemenuwo ƒe ewolia na Lewi-viwo, ne Lewi-viwo nava dza nuwo ƒe ewolia le míaƒe agblededuwo katã me. Eye ne Lewi-viwo le nuawo ƒe ewolia dzɔm la, nunɔla, si nye Aron vi la, nanɔ Lewi-viawo gbɔ, eye Lewi-viawo natsɔ nuawo ƒe ewolia ƒe ewolia ayi nudzradoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me. Elabena xɔ siawo me Israel-viwo kple Lewi-viwo naisɔ bli, wein kple ami dzɔdzɔawo ayii; afima kɔkɔeƒe ƒe nuwo, nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm, agbonudzɔlawo kple hadzilawo nanɔ; eye míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi o.

Nexemya 13:5

afisi wotsɔa numevɔsa, atike ʋeʋẽe kple ŋudɔwɔnuawo, bu, wein kple ami ƒe ewoliawo, siwo nye Lewi-viwo, hadzilawo kple agbonudzɔlawo lɔ kpakple nunɔlawo ƒe nudzɔdzɔ, dana do tsa la.

Nexemya 13:12

Azɔ Yuda blibo la tso bli, wein kple ami ƒe ewoliawo ya nudzraɖoƒexɔawo me;

Hiob 1:3-4

Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi. Eye viaŋutsuwo tua aglo ɖe woƒe aƒewo me, wo dome ɖesiaɖe le ŋkeke, si dze edzi la dzi, eye wodɔa ame da woɖakpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo, be woaɖu nu, eye woana nu kple yewo.

Hiob 1:21

gblɔ bena: Amama mele tso ɖanye ƒe ɖɔ me, eye ama ma manɔ agayi Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ!

Hiob 20:15

Emi kesinɔnu, eye ele nɛ be, wòadzɔe; Mawu aɖee atso eƒe ɖɔ me.

Hiob 20:19

Elabena ete ame dahe ɖe anyi, eye wògblẽe ɖi; exɔ xɔ, si metu o la sesẽe.

Hiob 21:13

Woɖua woƒe ŋkekewo le dzidzɔ me, eye le adahaƒoƒo ɖeka me woɖoa agu yia tsiẽƒe.

Hiob 22:6-7

Elabena èxɔ awɔbanu le nɔviwòwo si yakatsyɔ, eye nèɖe avɔ le avɔkoewɔlawo ŋu. Mèna tsi amesiwo gbafa ƒo la wono o, eye nète abolo dɔwuitɔwo.

Hiob 22:25

ekema ŋusẽkatãtɔ anye sika kple klosalo na wò gleglegle.

Hiob 24:2-10

Wotrɔa liƒowo, eye woɖaa adzo lãhawo kple lãkplɔlawo. Wokplɔa tsyɔ̃evi ƒe tedzi dzonɛ, eye wotsɔa ahosi ƒe nya ɖoa awɔbae; wotua asi ame dahewo ɖa le mɔ dzi, eye anyigba dzi hiãtɔwo sina ɣlana. Kpɔ ɖa, woyia woƒe dɔ dzi abe gbetedzi le gbedzi ene; wofɔna ŋdi kanya ɖe nuhaha ŋu, eye gbegbe naa nuɖuɖu wo hena wo viwo. Woŋea nu le agble me le zã, eye wofɔa nu dzɔdzɔe le ame vɔ̃ɖi ƒe weingble me. Womlɔa anyi amama le zã avɔ makpɔm eye nutsyɔtsyɔ mele wo si le vuvɔ me o. Tsi gãwo ƒoa wo le towo dzi tea wo ŋu; wodoa akɔ na agakpewo, elabena bebeƒe meli na wo o. Woɖaa adzo tsyɔ̃evi le dada ƒe akɔ, eye woxɔa awɔbanu le ame dahe si. Wole yiyim amama, avɔ mele wo ŋu o, eye wole lu bablawo tsam domeɣeɣee.

Hiob 31:23-25

Elabena gbegblẽ, si tso Mawu gbɔ la, do ŋɔdzi nam, eye nyemate ŋu anɔ te de eƒe gãnyenye nu o. Ne meɖo dzi ɖe sika ŋu, eye megblɔ na sika nyuitɔ be: wò ŋue mele ŋu ɖom ɖo; ne mekpɔ dzidzɔ be, nye kesinɔnuwo sɔ gbɔ, eye nye alɔ wɔ dɔ kpɔ nu geɖe;

Hiob 34:19

Eya, amesi medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔ wonye.

Hiob 42:10

Eye Yehowa gaɖo Hiob tè, le esi wòde kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve.

Hiob 42:15

Womekpɔ nyɔnu dzetugbea ɖeke le anyigba blibo la dzi ahe Hiob vinyɔnuwo ene o; eye wo fofo na anyigba wo ɖe wo nɔviŋutsuwo dome.

Psalmowo 2:8

Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!

Psalmowo 9:18

Elabena womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o, eye hiãlɔwo ƒe mɔkpɔkpo mabu tegbee o.

Psalmowo 10:3

Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu.

Psalmowo 15:5

amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.

Psalmowo 16:5-6

Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; ele nye dzidzenu de asi. Dzidzenu la dze nyuiaƒe nam; domenyinu la dze ŋunye.

Psalmowo 23:1

Dawid ƒe ha. Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehlãam o.

Psalmowo 34:9

Mivɔ̃ Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, elabena amesiwo vɔ̃nɛ la, hiã metua wo o.

Psalmowo 35:10

Nye ƒuwo katã agblɔ bena: Yehowa, amekae ɖe nuwò? Wò amesi ɖe hiãtɔ tso amesi tri akɔ wui la si me, kpakple hiãtɔ kple ame dahe tso amesi ɖa adzoe la si me.

Psalmowo 37:3-4

Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware! Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.

Psalmowo 37:25-26

Meno ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ eme dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o. Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra.

Psalmowo 37:29

Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.

Psalmowo 40:17

Ke nyea, nenye be, hiã tum, eye meɖo ko hã, Aƒetɔ la alé be nam. Nye kpeɖeŋutɔ kple xɔnamele nẽnye; nye Mawu, megahe ɖe megbe o!

Psalmowo 41:1-2

Dawid ƒe ha na henɔ la. Woayra amesi léa fɔ ɖe hiãtɔ ŋu! Yehowa aɖee le dzɔgbevɔ̃eɣi. Yehowa akpɔ eta, eye wòaxɔe ɖe agbe, ne woanyo nɛ le anyigba dzi; matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe adãwɔwɔ o!

Psalmowo 49:6-8

Amesiwo le dzi ɖom ɖe woƒe nuwo ŋu, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu gbogboawo le adegbe ƒomi. Amea ɖeke mate ŋu axɔ nɔvia akpɔ o, eye mate ŋu axe etafe na Mawu, — elabena woƒe agbe ƒeƒle xɔ asi ŋutɔ, eye aɖo kpoe tegbee, —

Psalmowo 52:7

Kpɔ ɖa, ŋutsu, si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ̃ sesẽe o, ke boŋ wòɖo dzi ɖe eƒe kesinɔnu sɔgbɔawo ŋu, eye wòtɔ asi kɔ ɖe eƒe nuwo ŋu la enye si!

Psalmowo 62:10

Migaɖo ŋu ɖe sesẽnuwɔwɔ ŋu o, eye nuhaha megaflu mo na mi o! Ne kesinɔnu le dzidzim ɖe edzi la, miaƒe dzi megaku ɖe eŋu o!

Psalmowo 72:12-13

Elabena aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔa ɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye woade ame dahewo ƒe luʋɔ.

Psalmowo 82:3-4

Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo! Mixɔ na ame tsɛwo kple ame dahawo, eye midu wo le ame vɔ̃ɖi la si!

Psalmowo 84:11

Elabena ɣe kple akpoxɔnu enye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.

Psalmowo 102:17

atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.

Psalmowo 112:3

Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.

Psalmowo 112:5

Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.

Psalmowo 113:7-8

Eya, amesi fɔ ame tsa la tso ʋuʋudedi me kple ame dahe la tso ba me; ne wòatsɔe aɖo bubumewo gbɔ, aɖo eƒe dukɔ la ƒe bubumewo gbɔ;

Psalmowo 115:4

Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.

Psalmowo 115:14-15

Yehowa adzi mia kple mia viwo de dzi. Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ame yayrawo mienye.

Psalmowo 116:12

Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?

Psalmowo 145:15-16

Ŋkuwo katã le asiwo nu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo ɖe enaɣi; èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.

Lododowo 1:19

Alea wòanɔ na amesiwo katã le viɖe madzɔmadzɔ yome tim lae; aɖe ekpɔlawo ƒe agbe ɖa.

Lododowo 2:4-5

ne édii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema ãse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.

Lododowo 3:9-10

Tsɔ wò kesinɔnuwo kple wò agblemenuwo katã ƒe gbãlɔwo du bubu Yehowa ŋu, ekema nu ayɔ wò ava taŋtaŋ, eye wein agbagba ɖe wò ahafiãƒe.

Lododowo 3:13-15

Woayra amesi tu nunya kple amesi ƒe asi su gɔmesese dzi. Elabena eƒeƒle nyo wu klosaloƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta. Exɔ asi wu adzagba, eye wò nuveviwo katã mede enu o.

Lododowo 3:27-28

Megãte nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o. Ne ele asiwò la, megagblɔ na hawòvi be: „Heyi, ne nagava, etsɔ hã mana wò“ o!

Lododowo 6:1-5

Vinye, ne èƒu asi akɔ ɖe hãwòvi nu, eye nèlé fe nu na ame tutɔ, wò numenya ɖe nyagbatee dowòme, eye wò numenya lé wò la, ekema, vinye, wɔ ale, ne naɖe ɖokuiwò — ège ɖe hawòvi si me ɖe — Yi naxlã ɖokuiwò ɖe eƒe afɔ nu, eye naƒoe ɖe hawòvi nu. Megana alɔ̃ nava wò ŋku dzi o, eye akɔlɔ̃e megaɖo wò aɖaba me o. Ɖe ɖokuiwò le esi abe sãde ene, eye abe xevi tso mɔ̃trela si me ene.

Lododowo 6:30-31

Womedoa vlo fiafitɔ, ne efi fi, be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, esime ƒomenui le ewɔm o; ke ne asi tui la, ado eteƒe zi adre, eye wòatsɔ eƒe me nuwo katã ana.

Lododowo 8:18-21

Kesinɔnu kple bubu, nu xoxowo kple dzɔdzɔenyenye le asinye. Nye kutsetse xɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ, eye nye nukpɔkpɔ nyo wu klosalo nyuitɔ. Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe, ne mana kesinɔnu amesiwo lɔ̃am, eye made nu nudzraɖoƒe na wo fũ.

Lododowo 10:2-5

Kesinɔnu madzɔmadzɔ menye viɖea ɖeke o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku; me. Yehowa megbea ame dzadzɔewo ƒe dɔwuamenutsitsi o; ke etutua ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi ɖa. Amesi wɔa alɔgblɔlɔ le dɔ ŋu la, ado ko, ke veviedolawo ƒe asi hea kesinɔnu vɛ. Amesi ƒoa nu ƒu le dzomeŋɔli la, vi nyanue, amesi dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi wɔŋukpenanue.

Lododowo 10:15

Hotɔ ƒe kesinɔnuwo nye du sesẽ nɛ, ke hiãtɔ ƒe gbegblẽ enye eƒe ahedada.

Lododowo 10:20-22

Klosalo nyuitɔ enye ame dzɔdzɔe le aɖe, ke eme vɔ̃ɖi ƒe dzi mele ɖeke me o. Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi kplɔa ame geɖewo; ke numenya wua bometsilawo. Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.

Lododowo 11:1

Nuɖanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nudanu blibo dzea eŋu.

Lododowo 11:15-16

Amesi ƒu asi akɔ de ame bubu nu la, eme menyo nɛ o; ke amesi gbe fenuléle la, anɔ dedie. Nyɔnu nyodɔme ƒe asi sua bubu dzi; ke ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.

Lododowo 11:24-28

Amea ɖewo na nu geɖe, ke wokpɔa ho ɖe edzi; amea ɖewo vea nu le nusi dze be, woawɔ la gbɔ, ke ahe ko wodana. Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono. Amesi mia asi ɖe bli dzi la, amewo aɖo ɖiŋu nɛ, ke yayra ava blidzrala ƒe ta dzi. Ani esi ti nyuie yome la, eƒe nu adze ame ŋu; ke amesi di vɔ̃ la, ado goe. Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi; ke ame dzɔdzɔewo ade ama abe aŋgba ene.

Lododowo 13:4

Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.

Lododowo 13:7-8

Amea ɖewo ɖoa kesinɔtɔ wo ɖokui, ke agaga hã mele wo si o; amea ɖewo ɖoa ame dahe wo ɖokui, ke nu hɔ ɖe wo si. Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbee; ke ame dahe mesea ŋɔdzidonyaa ɖeke o.

Lododowo 13:11

Kesinɔnu, si wotso hosuhosudodo kpɔe le azu ʋee, ke nusi woƒo ƒu ʋeʋeʋe la, adzi ɖe dzi.

Lododowo 13:22

Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe.

Lododowo 14:20-23

Ame dahe ƒe hatiwo ke hã léa fui; ke xɔlɔ̃ bɔ ɖe kesinɔtɔ si. Amesi doa vlo ehavi la, ewɔ nuvɔ̃; ke amesi vea hiãtɔ nu la, woayrae! Ɖe amesiwo ɖoa vɔ̃ ɖe tame la, metrana oa? Ke amenuveve kple nyateƒe vana na amesiwo ɖoa nyuie ɖe tame. Agbagbadzedze hea viɖe ve; ke nu kpoloe ƒoƒo hea hiã vɛ.

Lododowo 14:31

Amesi te ame tsa ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, ɖea bubu eŋu.

Lododowo 15:6

Kesinɔnu bɔ ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe me: ke gbegblẽ le ame vɔ̃ɖi ƒe nukpɔkpɔ me.

Lododowo 15:16-17

Nu vi nɔamesi, si ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu kesinɔnu geɖe, si me dzimaɖeɖi le. Ama agba ɖeka, si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami, si ŋu fuléle kpe ɖo.

Lododowo 15:27

Amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe.

Lododowo 16:8

Nu ʋee, si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo, nyo wu nukpɔkpɔ geɖe, si ŋu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kpe ɖo.

Lododowo 16:16

Aleke gbegbe nunyakpɔkpɔ mehenyo wu sikae, ete gɔmesesekpɔkpɔ meheƒo klosalo tae o!

Lododowo 17:1-3

Abolo ƒuƒlu ɖuɖu, si me dzidzeme le, nyo wu aƒe, si me yɔ fũ kple akpedavɔsa, eye dzre kpe ɖe eŋu. Kluvi nyanu aɖu amegã ɖe aƒevi ŋukpenanuwɔla dzi, eye eya kple nɔviawo anyi dome. Sonu li de klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu; ke Yehowa doa dziwo kpɔna.

Lododowo 17:18

Amesi Iéa fe nu, eye wòƒua asi akɔ ɖe ehavi nu la, ame manyanue.

Lododowo 18:23

Ame dahe ƒoa koko, ke kesinɔtɔ ɖoa ŋu kple mo kplala.

Lododowo 19:17

Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.

Lododowo 20:4

Kuviatɔ be, yemade agble le kele me o, eyata wòdia nu le nuŋeɣi doa kpoe.

Lododowo 20:10

Nudakpe eve ƒomevl kple nudotree eve ƒomevi la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye bia Yehowa.

Lododowo 20:17

Alakpabolo vivi na ŋutsu la, ke emegbe kpekui anɔ nu me nɛ.

Lododowo 20:21

Domenyinu, si ŋu wotsi hohoho ɖo la, yayra manɔ me o.

Lododowo 21:5-6

Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ; ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe. Alakpaɖe tsɔtsɔ kpɔ kesinɔnui enye ƒuƒu, si nu yina, ku ƒe mɔ̃ wònye.

Lododowo 21:13

Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.

Lododowo 21:17-20

Amesi lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ la, azu hiãtɔ; eye amesi lɔ̃a wein kple ami ʋeʋẽe la, makpa ho o. Ame vɔ̃ɖi enye avulénu ɖe ame dzɔdzɔe nu, eye ame mawɔnuteƒewo xɔna de nuteƒewɔla teƒe. Gbedadaƒonɔnɔ nyo wu nyɔnu nyawɔla kple dzikutɔ gbɔ nɔnɔ. Nu xɔasiwo kple ami le nunya ƒe me, ke bometsila tsɔa wo doa dzodzoe.

Lododowo 21:25-26

Kuviatɔ ƒe nudzodzro wunɛ, elabena eƒe asi gbe dɔwɔwɔ. Wole nu dim gbawotsyogbe; ke ame dzɔdzɔe la naa nu, eye metea ame o.

Lododowo 22:1-2

Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesiuɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika. Kesinɔtɔ kple ame dahe wodoa go wo nɔewo; wo katã wɔla enye Yehowa.

Lododowo 22:7-9

Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi; amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ. Amesi ƒãa nu madzɔmadzɔ la, axa dzɔgbevɔ̃e; eye eƒe dɔmedzoe ƒe toheti atsrɔ̃ eya ŋutɔ. Woayra dɔmenyolɔ, elabena eɖe eƒe abolo hena ame dahe.

Lododowo 22:16

Ne wote ame dahe ɖe anyi la, eƒe nuwo ko wobe, nedzi ɖe edzi; ke ne wona nu kesinɔtɔ la, ahedada wònye wokplɔ ƒui.

Lododowo 22:22-23

Megaɖa adzo ahetɔ le esi wòda ahe ta o, eye megate hiãtɔ de anyi kple afɔ le ʋɔnu o; elabena Yehowa awɔ woƒe dzre na wo, eye wòada adzo amesiwo da adzo wo la ƒe agbe.

Lododowo 22:26-27

Meganɔ amesiwo léa le nu, eye woƒua asi akɔ ɖe fenyila nu la dome o; elabena ne mate ŋu axe fea o la, ɖe woagbe aha ɖeɖe le tewòa?

Lododowo 23:4-5

Meganɔ kutri kum, be nakpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia! Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.

Lododowo 23:21

Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖuvu me.

Lododowo 24:3-4

Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee, eye sidzedze wotɔna dea kesinɔnu nyui vovovowo woƒe xɔwo me taŋtaŋ.

Lododowo 24:33-34

„Madɔ alɔ̃ vie, madɔ akɔlɔ̃e vie, made asi asitɛ me, ne magbɔ ɖe eme“ la, ahedada ɖe wòƒona ɖe ame dzi abe mɔzɔla ene, eye hiã abe ŋutsu, si bla akpa ene.

Lododowo 25:11

Nya, si wogblɔ de egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.

Lododowo 25:21-22

Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na aboloe wòaɖu, eye ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano; elabena dzoka ƒom nèle ƒu ɖe eƒe ta me, eye Yehowa aɖo eteƒe na wò.

Lododowo 27:24

elabena kesinɔnu menɔa anyi ɖaa o, alo ɖe fiakuku noa anyi na dzidzimeawo katãa?

Lododowo 28:6-8

Ame dahe, si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, nyo wu kesinɔtɔ, si zɔa mɔ gɔglɔ̃ dzi. Amesi dzraa se ɖo la, vi nyanue; ke amesi tsoa nutsuɖuɖu ɖoa dɔe la, dea ŋukpe fofoa ŋu. Amesi lsɔa demexɔxɔ kple kasaɖiɖi dzia eƒe kesinɔnuwo ɖe edzii la, ele nu tum ɖo na amesi vea eme dahewo nu.

Lododowo 28:11

Kesinɔtɔ bua eɖokui nunyalae; ke ame dahe nugɔmesela le egɔme kpɔm.

Lododowo 28:19-24

Amesi ɖe eƒe agble la, nuɖuɖu abɔ ɖe esi; ke amesi ti yakanuwo yome la, ahedada ado gã ɖe edzi. Woayra nuteƒewɔla geɖe; ke amesi tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, womagbe tohehe nɛ o. Amedzidede menyo o, abolo kakɛ pɛ hã ana ame dada vo. Ŋubiala le yɔyɔm ɖe kesinɔnu ŋu; ke menyae be, hiã le ye dzi va ge o. Amesi ka mo na ame la, axɔ akpe emegbe wu amesi ɖe ami ɖe eƒe aɖe. Amesi da adzo fofoa kple ɖaɖaa hegblɔ be: Menye nuvɔ̃a ɖeke o la! nugblẽlawo ƒe hati wònye.

Lododowo 28:27

Amesi naa nu ame dahe la, hiã matui akpɔ o, ke amesi trɔa mo ɖe aga la, woaɖo ɖiŋu geɖe nɛ.

Lododowo 29:7

Ame dzɔdzɔe nyaa ame dahèwo ƒe nya me na wo, ke ame vɔ̃ɖi masea sidzedze gome o.

Lododowo 29:24

Amesi woa kple fiafitɔ womã nu, eye wòse ɖiŋudodo, gake metoe o la, ele fu eya ŋutɔ ƒe agbe.

Lododowo 30:8-9

Alakpa kple aʋatsokaka neƒo asa nam! Megana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nusi nyee tɔnye, ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.

Lododowo 31:9-10

Ke wò nu natso efia ɖe eteƒe, eye nadrɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔwo kple ame dahewo! Amekae akpɔ nyɔnu zazɛ̃? Eƒe asime sẽ wu adzagba tɔ.

Lododowo 31:20

Edoa eƒe asi ɖe hiãtɔwo, eye wòkea eƒe abɔ me na ame dahewo.

Nyagblɔla 2:4-11

Mewɔ dɔ klitsuwo: metu xɔwo, mede weingblewo, melɔ ahɔwo, eye mewɔ tsaɖiƒevewo hedo afi tseku ɖuɖua vovovowo ɖi; medo tsitawo, ne matsɔ ade tsi avemeti damawo. Meƒle kluvliwo kple kosiviwo, eye esiwo wodzi le aƒe me hã nɔ asinye. Nyihawo kple alẽhawo nɔ asinye taŋ wu amesiwo katã nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam. Meƒo klosalo kple sika, fiawo kple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu; medo ŋutsu hadzilawo kple nyɔnu hadzilawo ne ɖokuinye; mese amegbetɔviwo ƒe vivisese, eye nyɔnu hɔ ɖe asinye kpaŋ. Ade meɖo kpo gaɖo kpo ɖe dzi wu amesiwo katã nɔ Yerusalem ɖo ŋgɔ nam; eye nye nunya hã tsi ŋunye. Nusianu, si nye ŋkuwo di la, nyemete wo o; nyemetsri dzidzɔa ɖeke na nye dzi o, ke boŋ nye dzi kpa dzidzɔ ɖe nye agbagbadzedzewo katã ŋu, eye esia nye tanye gome tso nye agbagbadzedzewo katã me. Ke esi metrɔ kɔ ɖe ɖɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋutl la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖea ɖeke mele ɣe la te o.

Nyagblɔla 5:10

Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo na o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖea ɖeke metso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.

Nyagblɔla 5:15

Alesi wòle tso dadaa ƒe mi me la, nenema ke wòaganɔ amama ayii, abe alesi wole va ene, eye matsɔ naneke aɖo asi tso eƒe agbagbadzedzewo me o.

Nyagblɔla 5:19

Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia.

Nyagblɔla 6:2

Ne Mawu na kesinɔnu, nu xɔasiwo kple bubu amea ɖe, ale be nusiwo katã wòdina la, mehiãnɛ o, gake Mawu mene ŋusẽe, be wòaɖui o, ke boŋ ame tutɔ naɖul la, tofloko kple vɔ̃ gã wònye.

Nyagblɔla 10:19

Ɖe woɖaa nuɖuɖu hena dzidzɔkpɔkpɔ, wein doa dzidzɔ na agbe, eye gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.

Nyagblɔla 11:6

Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.

Yesaya 2:7-8

Klosalo kple sika yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe kesinɔnuwo teƒe mekɔ o; sɔwo yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe tasiaɖamwo teƒe mekɔ o. Legbawo yɔ eƒe anyigba dzi fũ; wode ta agu na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo, nusiwo woawo ŋutɔwo ƒe asibide wɔ.

Yesaya 10:2

ne woate ame dahewo ƒe nya ɖe to, eye woada adzo nya dzɔdzɔe le nye dukɔ ƒe hiãtɔwo si, ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu, eye woaha tsyɔ̃eviwo!

Yesaya 32:8

Ke tamesusu vavãwo li na bubumewo, eye nu vavãwo dzi wolina ɖo.

Yesaya 55:1-2

Kuwui! Mi ame tsikɔwuwo katã, miva tsi gbɔ! Mi amesiwo si ga mele o, miva ƒle nu, ne miaɖu! Miva, ne miadze wein kple notsi, menye kple ga alo le asixɔxɔ nu o! Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu.

Yesaya 58:7

naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.

Yesaya 58:10

ne ètsɔ wò abolo na dɔwuitɔ, eye nèɖi ƒo na amesi wole ɖe anyi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò tsizi anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene,

Yesaya 60:5-6

Ekema akpɔe, eye àko atsemenu, wò dzi adzo kpo, eye wòavu eɖokui; elabena atsiaƒu me nu xɔasiwo do agbogbo ɖe dziwò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo va na wò. Kposɔwo anyẽ atsyɔ wò bibibi kple kposɔviwo tso Midian kple Efa; wo katã woatso sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu atso Seba vɛ, eye woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe kafukafu.

Yesaya 60:17

Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matso ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.

Yeremya 4:30

Ke wò, amesi wotsrɔ̃, nuka nahawɔ ma? Ne eta aɖabɛ, nedo sikanuwo, eye neɖo tu ɖe ŋku hã la, dzodzroe nèwɔ leke; wò lɔlɔ̃tɔwo ado vlo wò, eye woadi wò ku.

Yeremya 15:13

Matsɔ wò kesinɔnuwo kple wò nu xɔasiwo ana woaha, eye womaxe fe ɖe wo ta o, le wò nuvɔ̃, siwo katã nèwɔ le wò anyigbawo katã dzi la ta,

Yeremya 51:13

Wò amesi le lɔ gãwo to, eye kesinɔnu ɖo agbogbo ɖe asiwò, wò nuwuwu ɖo, eye dzidze, si nu woalã wò ɖo la ɖe!

Konyifahawo 1:11

Eƒe amewo katã le hũ ɖem hele abolo dim. Wotsɔ woƒe nu veviwo na ɖe nuɖuɖu la, ne woalé agbe ɖe te. Yehowa, ɖo ŋku anyi nakpɔ alesi woɖo vlom ɖa!

Xezekiel 7:19

Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe kpɔdomee, eye wòabu woƒe sika ŋunyɔnui; woƒe klosalo kple sika maɖe wo le Yehowa ƒe dzikudogbe o; womate atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe o; elabena eyae ble wo de vodada me.

Xezekiel 16:49-50

Kpɔ ɖa, nɔviwònyɔnu Sodom ƒe vodada enye: Dàda kple nuɖuɖu fũ, eye eya kple nɔvianyɔnuwo nɔ agbe vivi bɔkɔɔ; ke mekpe ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o. Woda, eye wowɔ ŋunyɔnu le ŋkunye me, eye esi mekpɔe ko la, meɖe wo ɖa.

Xezekiel 18:7-9

mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle, meɖia kasa le agbanadodo me o, eye mexɔa deme o, eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye wòtsoa afia na ame kple ehavi ɖe eteƒe, ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòléa nye sewo me ɖe asi hewɔa nuteƒe la, eya nye ame dzɔdzɔe, anɔ agbe kokoko, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.

Xezekiel 18:12-13

esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu, eye megbugbɔa awɔbanu nana o, efɔa mo te ɖe legbawo ŋu, eye wòwɔa ŋunyɔnu, eɖia kasa le agbanadodo me, eye wòxɔa deme la, ɖe wòanɔ agbea? Manɔ agbe o, ke boŋ esi wòwɔa ŋunyɔnu siawo katã ŋuti la, eyata aku, eye eƒe ʋu ava edzi.

Xezekiel 22:12

Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.

Xezekiel 22:29-30

Dukɔ hahoo la ɖua sesẽnu, eye wodaa adzo, esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu le amedzrowo si hedaa se la dzi. Medi ame le wo dome, si aɖo gli, eye wòatsi tre ɖe gbagbãƒe le ŋkunye me ɖe anyigba la nu, ne magagblẽe o, ke nyemekpɔ ɖeke o.

Xezekiel 28:4-7

wò nunya kple wò gɔmesese netsɔ kpɔ kesinɔnui, eye nède sika kple klosalo wò nudzraɖoƒewo; wò nunya geɖe kple wò asitsatsa nètso kpo kesinɔnui kpaŋkpaŋ, eye wò dzi de asi dàda me le wò kesinɔnuawo ta — eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Esi newɔ wò dzi abe Mawu to ene la, eyata kpɔ ɖa, makplɔ du bubu me to, siwo nye ŋutasẽlawo aƒu wò dukɔ, woadi yi ɖe wò nunya ƒe nyonyo ŋu, eye woado gu wò atsyɔ̃.

Xezekiel 38:11-13

agblɔ bena: Maho ɖe anyigba, si le nuvo la ŋu eye maƒo ɖe amesiwo li bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi la dzi, amesiwo li, eye gli, gameti kple agbo mele wo si o, ne naha nu, naɖe aboyo nu, eye nanye wò asi ɖe aƒedo, si me ame le, kple dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔwo dome la dzi, amesiwo si lãwo kple kesinɔnuwo le, eye wole anyigba ƒe ƒoƒoli nu. Seba, Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kpakple woƒe dzatawo katã agblɔ na wò be: Ɖe nèva, be naha nu, eye ɖe neƒo wò amehawo nu ƒu, be naɖe aboyo nu, nalɔ klosalo kple sika ahatsɔ lãwo kple kesinɔnuwo adzoe, eye naxa nu geɖewoa?

Daniel 5:2-4

Eye esi Belsazar mu aha la, eɖe se be, woaɖatsɔ sikanu kple klosalonu, siwo fofoa Nebukadnezar fɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem la va, ne fia la kple eƒe amegãwo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo nano nu le wo me. Tete woɖatsɔ sikanu, siwo wofɔ le Mawu ƒe aƒe ƒe gbeɖoxɔ me le Yerusalem la vɛ, eye fia la kple eƒe amegãwo, srɔawo kple eƒe ahiãwo no nu le wo me. Wono wein, eye wokafu mawu, siwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe.

Hosea 4:7

Alesi wosɔ gbɔ ɖe edzii la, nenemae wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunyee; eyata matrɔ woƒe bubu wòazu ŋukpe.

Hosea 12:7-8

Alakpanudanu le Kanaan si, amebaba vivia enu. Eye Efrayim gblɔ be: Mekpɔ ho, eye kesinɔnu su asinye, womekpɔ vodadaa ɖeke le nye dɔwɔwɔwo katã ŋu, si nye nuvɔ̃ o.

Yoel 2:25-26

Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu. Miaɖu nu aɖi ƒo, eye miakafu Yehowa, mia Mawu, amesi wo nukunu ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔ, eye ŋu magakpe nye dukɔ akpɔ gbeɖe o.

Amos 5:11-12

Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o. Elabena menyae be, miaƒe dzidadawo sɔ gbɔ, eye miaƒe nuvowo teƒe mekɔ o, mielé ame dzodzɔewo ɖe ke me, miexɔ zãnu, eye miete ame dahewo ɖe anyi le ʋɔnu!

Amos 8:4-6

Misee, mi amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe ame dahewo ŋu, eye mietsrɔ̃ hiãtɔwo; mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee; míaƒle ame dahewo ɖe gã nu kple hiãtɔwo ɖe atokota ɖoɖo ɖeka nu, eye míadzra bli toto ɖe bli ŋutɔ teƒe?

Mixa 2:2

Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.

XABAKUK 2:6-7

Ɖe amesiawo katã mado hamelo ɖe eŋu, woasi ahama, eye woado lo ɖe eŋu agblɔ hena: „Baba na amesi ƒo nu geɖe ƒu, hafi menye etɔ o, eye wòtsɔ awɔbanu do agba na eɖokui la“ oa? Ɣekaɣi wòanɔ anyi ase ɖo? Ɖe wò fetɔwo matso kpoyi, amesiwo axaxa wò ɖo la, nanyɔ, eye woahe wò oa?

Zefanya 1:13

Woaha woƒe ke-sinɔnuwo, eye woƒe aƒewo azu aƒedo; woatu xɔ, ke womanɔ eme o, eye woade weingble, ke womano eƒe wein o.

Zefanya 1:18

Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.

Xagai 2:8

Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika, Yehowa Zebaot ye gblɔe!

ZAXARYA 11:12-13

Eye megblɔ na wo bena; Ne edze mia ŋu la, mina nye fetum, ke ne mesɔe na mi o la, midzudzɔ! Tete woxe klosalo sekel blaetɔ̃ nam. Eye Yehowa gblɔ nam bena; Tsɔ fetu gbogbo ma, si wohe, ye-wotsɔ de bubu ŋunye la, ƒu gbe ɖe nudzraɖeƒe la me. Tete metsɔ klosalo sekel blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe nudzraɖoƒe me.

Maleaxi 3:8-10

ɖe amegbetɔ aflu Mawu, hafi miawo miele fluyema? Eye ne miebe: Nuka míetsɔ flu wòe hã la, ɖe menye nuwo ƒe ewolia kple adzɔwoe oa? Woƒo fi ɖe mi tso, hafi mi kafã miele fluyem. Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.

Mateo 2:11

Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.

Mateo 5:3

Woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.

Mateo 5:6

Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo.

Mateo 5:40-42

eye amesi le didim be, yeadrɔ̃ ʋɔnu kpli wò, bene yeaxɔ wò awu le asiwò la, na ne wòaxɔ avɔ hã le asiwò; eye amesi ke azi dzi wò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii. Na nu amesi le nu biawòm, eye amesi le didim be, yeaɣe nu le asiwò la, megatrɔ dzo le egbe o.

Mateo 6:1-4

Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyenu le amewo ƒe ŋku me, be woakpɔ o; ne menye nenem o la, fetua ɖeke meli na mi le mia Fofo, si le dziƒowo la, gbɔ o. Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo. Ke wò la, ne èle nu nam ame la, megana wò miasi nanya nusi wò nuɖusi wɔna o, bena wò nunana nanɔ ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔmle ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.

Mateo 6:11-12

Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí! Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene!

Mateo 6:19-21

Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia, nu le la o; ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo dua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpo va fia nu le o: elabena afisi wò nu nyui le la, afima wò dzi hã lanɔ.

Mateo 6:24

Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.

Mateo 6:25-34

Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe? Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo to o mahã? Eye amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atso abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã? Eye nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o; ke mele egblɔm na mi bena: Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. Eye ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi egbe, eye etso kasia woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mí xɔseʋeetɔwo! Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka miano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.

Mateo 7:7-8

Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi; elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu, eye amesi dia nu la, ekpɔa nu, eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ.

Mateo 7:11

Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?

Mateo 8:20

Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.

Mateo 10:9-10

Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o; nagatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu.

Mateo 10:42

Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.

Mateo 13:8

Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wotse, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.

Mateo 13:22-23

Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la. Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.

Mateo 13:44-46

Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma. Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi asitsala, si le dzonu nyuiwo dim; eye esi wòkpɔ dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye woƒlee.

Mateo 16:26

Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

Mateo 17:24-27

Esi wova Kapernaum la, amesiwo dzaa ga la, va Petro gbɔ, eye wogblɔ bena: Alo miaƒe nuxala ya menaa mawuxɔ me nudzɔdzɔ o mahã? Eye wòbena: Enana! Eye esi wòva aƒe me la, Yesu tre ebiabia gblɔ bena: Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã? Egblɔ bena: Le amedzrowo si. Yesu gblɔ nɛ bena: Ekema viwo le wo ɖokui si. Ke ne míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta nada ƒu, eye lã, si ke naɖe gbã la, lée, eye ne èke eƒe nu la, akpɔ ga; eyae natsɔ ana wo ɖe mía kpli wò ta.

Mateo 18:23-35

Eyaŋuti wotso dziƒofiaɖuƒe la ɖo fiãa ɖe, si le didim be, yeabu akɔnta kple eƒe dɔlawo la ŋu. Ke esi wòde asi ebubu me la, wokplɔ fenyila ɖeka, si talento akpe ewo le eŋu la, va egbɔ. Eye esi naneke mele esi wòatsɔ axee o la, eƒe aƒetɔ la de se bena, woatsɔ eya kple srɔ̃a kple viawo kple nusiwo katã le esi la aƒle, ne woatsɔ aɖo eteƒe. Tete dɔla ma dze klo ƒo koko nɛ gblɔ bena: Gbɔ dzi blewu, eye maɖo wo katã teƒe na wò. Eye aƒetɔ la kpɔ dɔla ma ƒe nublanui, eye wòɖe asi le eŋu hetsɔ fe la kee. Ke esi nenem dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa le esi, eye wòlée, lé ve nɛ gblɔ bena: Ɖo nusi nènyi la teƒe! Tete eƒe hadɔtsɔla la dze klo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Fa tu blewu, eye maɖo eteƒe na wò. Gake melɔ̃ o; ke boŋ eyi ɖatsɔe de gaxɔ me, vaseɖe esime wòaɖo nusi wònyi la teƒe. Ke esi wo tɔwo kpɔ nusi va yi la, eve wo ŋutɔ, eye woyi ɖagblɔ nusiwo katã va ve me la, fia woƒe aƒetɔ eteƒeteƒe. Tete eƒe aƒetɔ la yɔe va egbɔ, gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam, metsɔ nenem fe ma katã ke wò la; alo mele na wò bena, wò hã nakpɔ wò hadɔtsɔla ƒe nublanui, abe alesi nye hã mekpɔ wò nublanui ene o mahã? Eye eƒe aƒetɔ la do dɔmedzoe, ɖee asi na ŋutasẽlawo, halase esime wòaxe fe, siwo katã wònyi la. Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.

Mateo 19:21-22

Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme. Ke esi ɖekakpui la see la, edzo yi kple nuxaxa: elabena nu geɖe le esi.

Mateo 19:23-26

Eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, esẽ na kesinɔtɔ bena, wòayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. Eye megale egblɔm na mi hã bena: Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi de dziƒofiaɖuƒe la mee. Ke esi nusrɔ̃lawo see la, kuvia do wo ŋutɔ, eye wogblɔ bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã? Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.

Mateo 19:27-29

Tete Petro xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, miawo miegblẽ nuwo katã ɖi, eye miedze yowòme: nuka gɔ̃e lanye mía to mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo. Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.

Mateo 20:1-16

Elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖi aƒetɔa ɖe, si do go ŋdikanya, be yeadɔ dɔwɔlawo de yeƒe weinbɔ me. Ke esi eya kple dɔwɔlawo nyi denario ɖeka ƒe asi ɖe ŋkeke ɖeka dzi la, edo wo de eƒe weinbɔ la me. Eye esi wòdo go le gaƒoƒo etɔ̃lia me la, ekpa ame bubuwo le tsitre le asi me le kuvia me; eye wògblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me, eye nusi ke anyo la, mana mi. Eye woyi. Ke egado go le gaƒoƒo adelia kple asiekelia me, eye wògawɔ nenema ke. Ke esi wòdo go le gaƒoƒo wuiɖekelia me la, ekpɔ ame bubuwo le tsitre, eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti míetsi tre le kuvia me ɖe afisia ŋkeke blibo la katã mahã? Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me. Ke esi fiẽsi ɖo la, weinbɔtɔ la gblɔ na eƒe xɔnuvi bena: Yɔ dɔwɔlawo vɛ, eye nana fetu wo, eye nadze egɔme atso mlɔetɔwo dzi vaseɖe gbãtɔwo dzi. Eye esi gaƒoƒo wuiɖekelia me tɔwo va la, wo katã woxɔ denario ɖekaɖeka. Ke esi gbãtɔwo va la, wobu xa bena, yewoaxɔ ɖewo ɖe dzi, eye woawo hã woxɔ denario ɖekaɖeka. Eye esi woxɔe la, woli liʋiliʋi le aƒetɔ la ŋuti gblɔ bena: Ame mlɔetɔ siawo wo do gaƒoƒo ɖeka ko, eye nèwɔ wo wosɔ kpli mi, amesiwo kpe hiã ŋkeke blibo la katã, eye ŋɖɔkutsu ɖu mi la. Eye wòɖo eŋu gblɔ na wo dometɔ ɖeka bena: Xɔ̃nye, nyemewɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò o, alo mia kpli wò la menye denario dzi mienyi asi ɖo o mahã? Tsɔ tawò nayi; gake melɔ̃ bena, mana mlɔetɔ sia, abe alesi mena wò ene. Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã? Nenem eye mlɔetɔwo lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo; elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ, eye ame ʋeewo nye amesiwo wotia.

Mateo 21:12-13

Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi; eye wògblɔ na wo bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Nye aƒe la, woayɔe be gbedoxɔ; ke miawo mietsɔe wo adzodalawo ƒe ɖoe.

Mateo 22:17-21

Eyaŋuti gblɔe na mi, nuka nèsusuna mahã? Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na kaisaro loo, womeɖe mɔ o mahã? Ke esi Yesu dze si woƒe vɔ̃ɖinyenye la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo! Mifia nudzɔsika lam. Eye wotsɔ denario la va fiae. Yesu gblɔ na wo bena: Ameka ƒe nɔnɔme kple ŋɔŋlɔ enye esia mahã? Wodo ŋu nɛ bena: Kaisaro tɔe. Tete wògblɔ na wo bena: Ekema mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.

Mateo 23:23

Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o.

Mateo 25:14-30

Elabena ele abe amea ɖe, si yi nugbe la ene, amesi yɔ eƒe dɔlawo, eye wotsɔ eƒe nuwo de asi na wo la. Eye wòna talento atɔ̃ ame ɖeka, eye eve ame ɖeka, ke ɖeka ame ɖeka, wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu, eye wòyi nugbe. Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi. Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi. Ke amesi xɔ ɖeka la, dzo vi ɖaɖe do, eye wóɣla eƒe aƒetɔ ƒe klosalo la ɖe eme. Ke le ŋkeke geɖe megbe la dɔla mawo ƒe aƒetɔ la va, eye wobu akɔnta kple wo. Eye amesi xɔ talento atɔ̃ la va, eye wotsɔ talento atɔ̃ bubuwo vae gblɔ bena: Aƒetɔ, etsɔ talento atɔ̃ de asi nam; kpɔ ɖa, meɖe vi talento atɔ ɖe wo dzi. Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me! Eye amesi xɔ talento eve la, hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, talento evee nètsɔ de asi nam; kpɔ ɖa, meɖe vi talento eve ɖe wo dzi. Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehẽ, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu; yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me! Ke amesi xɔ talento ɖeka la hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, menya wò bena, ame sesẽ nènye, èŋea nu le afisi mè ƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afisi mèwu nu ɖo o, eye esi mele vɔvɔ̃m la, medzo yi ɖaɖi wò talento la ɖe do me; kpɔ ɖa, xɔ wò nu. Eƒe aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔ! Ɖe nènyae bena, meŋea nu le afisi nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afisi nyemewu nu ɖo o mahã? Ekema ele na wò bena, natsɔ nye klosalo la ayi aɖana gasitsalawo, eye le nye vava me la maxɔ ye nu la kple deme. Eyaŋuti mixɔ talento la le esi, eye mitsɔe na amesi si talento ewo le la. Elabena amesiame, si nu le esi la, woana nui, woagbã go nɛ: ke amesi si nu mele o la, nusi le esi la, woaxɔ eya hã le esi. Eye dɔla, si menyo na naneke o la, mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 25:34-40

Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome! Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ. Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye. Tete ame dzɔdzɔeawo axɔ edzi ne agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbee míekpɔ bena, da le wuwòm, eye míenyi wò, alo tsikɔ le wuwòm, eye miena tsi wò mahã? Gbekagbe míekpɔ wò nènye amedzro, eye míexɔ wò nèdze mía gbɔ, alo amama, eye míedo awu na wò mahã? Alo gbekagbe míekpɔ bena, wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa mahã? Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.

Mateo 25:41-45

Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me! Elabena da wum, eye miena nuɖuɖum o; tsikɔ wum, eya miena tsim o; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o. Tete woawo hã woaxɔ edzi nɛ agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbe míekpɔ wò bena, da le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o mahã? Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o.

Mateo 26:7-11

nyɔnua ɖe va egbɔ kple alabastrogui, eye ami, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, le eme, eye wòtsɔe kɔ ɖe ta me nɛ, esi wòle kplɔ ŋuti. Ke esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, eve dome na wo, eye wogblɔ bena: Nugbegblẽ sia gome ɖe? Elabena woate ŋu adzra ami sia ho gãe, eye woatsɔe ana ame dahewo. Ke esi Yesu dze sii la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele fu ɖem na nyɔnu la? Elabena ewo do nyui nam. Elabena ame dahewo la woli kpli mi ɖaa, ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.

Mateo 26:15-16

Nuka mielɔ̃ be, mianam, ne made eyama asi na mia? Ke woawo la wona klosalo blaetɔ̃e. Eye tso ekema dzi la ele asinu dim, bena yeadee asi.

Mateo 27:3-10

Tete esi Yuda, amesi fia eyome mɔ, kpɔ bena, wotso kufia nɛ la, evee, eye wògbugbɔ klosalo, blaetɔ̃ la yi na nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ bena: Mewo nuvɔ̃ be, mede ʋu maɖifɔ asi. Ke woawo gblɔ bena: Mía gbɔ nya kae wotsoa? Wò ŋutɔ kpɔ edzi! Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui. Ke nunɔlagãwo fɔ klosalo la gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o; elabena ʋuƒlegae. Eye wode adaŋu, eye wotsɔe ƒle zemela ƒe abɔ, ne wòanye amedzrowo ƒe ɖiƒe. Eyaŋuti woyɔ abɔ ma be ʋubɔ vaseɖe egbegbe. Ale wowu nya, si nyagblɔɖila Yeremya gblɔ ɖi la nu bena: „Eye wotsɔ klosalo blaetɔ̃, si enye amesi ŋu Israel-via ɖewo do asi ɖo la, ƒe tanu, eye wotsɔ wo na ɖe zemela ƒe abɔ ta, abe alesi Aƒetɔ la ɖo nam ene.“

Marko 4:8

Eye bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye esi womie la, wotsi, eye wotse, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, eye ɖewo alafa.

Marko 4:18-20

Eye bubu, siwo wowu ɖe ŋuwo dome la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamleawo ƒe amedzodzro yina ɖe wo me, eye wotsyɔa nya la dzi, eye wotsia matsematse. Eye esiwo wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye woxɔnɛ, eye wotsena, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, ɖewo alafa.

Marko 6:37-44

Eye wòxɔ edzi na wo gblɔ bena: Miawo la mina nu wo, ne woaɖu. Eye wogblɔ nɛ bena: Ekema de miayi aɖaƒle abolo denario alafa eve nu, ne miatso ana wo, ne woaɖu mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Abolo nenie le mia si mahã? Miyi ɖakpɔe ɖa. Eye esi wonyae la, wogblɔ bena: Wo ame atɔ kple tɔmelã eve. Eye wòɖo na wo bena, wo katã nanɔ anyi hamehame ɖe gbe mumu la dzi. Eye wonɔ anyi hamehame, ɖewo alafa, ɖewo blaatɔ̃. Eye esi wòtso abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpa dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye wòŋe aboloawo me, eye wòtso wo na nusrɔ̃lawo, bena woatsa wo aɖo wo ko me, eye wòmã lã eveawo hã me ɖe wo katã dome. Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo. Eye wofa kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi wuieve me fũ kple lãwo ƒe ɖe hã. Eye amesiwo ɖu aboloawo la, wo nu ano ŋutsu akpe atɔ̃.

Marko 7:22-23

ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ; nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tsoa eme ke, eye woƒoa ɖi ame.

Marko 8:35-37

Elabena amesi ke di be, yeade yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi atsrɔ̃ eƒe agbe le nye kple nyanyuie la ŋuti la, aɖee. Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

Marko 10:21-22

Ke Yesu kpɔe du, eye wòlɔ̃e, gblɔ ne bena: Nu ɖeka susɔ na wò; heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, eye natsɔ wo ana ame dahewo; ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme, eye natsɔ atitsoga la. Ke eto mo le nya sia ŋuti hedzo kple nuxaxa; elabena nu geɖewo le esi.

Marko 10:23-27

Eye Yesu tsa ŋku godoo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke gbegbe wosẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee! Ke nusrɔ̃lawo tsi yaa le eƒe nyawo ŋuti. Eye Yesu gaxɔ edzi gblɔ na wo bena: Viwo, esẽ bena, amesiwo ɖoa dzi ɖe kesinɔnuwo ŋuti la, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me! Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me, wu alesi kesinɔtɔwo nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee. Eye kuvia ɖo wo ŋuta, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã? Eye Yesu kpɔ wo du gblɔ bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; gake Mawu gbɔ la woate ŋui; elabena woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.

Marko 10:28-30

Petro de asi gbɔgblɔ me nɛ bena: Kpɔ ɖa, miawo la miegblẽ nuwo katã ɖi, eye miedze yowòme. Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyuie la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.

Marko 11:15-17

Eye wova Yerusalem; eye esi wòyi ɖe mawuƒe la me la, ede asi amesiwo le nu dzram kple amesiwo le nu ƒlem le mawuƒe la me la, nyanyã me do goe, eye wòmũ gaɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le ahɔ̃newo dzram la, ƒe zikpuiwo ƒu anyi. Eye meɖe mɔ bena, amea ɖeke netso goe ato mawuƒe la me o. Eye wòfia nu gblɔ na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe ɖoe.

Marko 12:14-17

Eye esi wova la, wobiae bena: Nufiala, míenyae bena, nyateƒetɔ nènye, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o; elabena mèkpɔa ame ŋku me o; hafi boŋ nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe nu. Woɖe mɔ bena, woana nudzodzo kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa? Ɖe miana loo, alo miana o mahã? Ke esi wòdze si woƒe alakpadada la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mitsɔ denario la vɛ, ne makpɔ! Eye wotsɔe vɛ. Eye wògblɔ na wo bena: Ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔ enye sia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Kaisaro tɔe. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Nusi nye kaisaro ta la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu. Eye woƒe mo wɔ yaa ŋutɔ le eŋuti.

Marko 12:41-44

Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi hedze ŋgɔ nudzɔɖaka la, ekpa alesi amewo le ga dam ɖe nudzɔɖaka la me; eye kesinɔtɔ geɖewo tsɔ geɖe da ɖe eme. Eye ahosi dahea ɖe va tsɔ lepta eve da ɖe eme, siwo ƒe home enye hoka eve. Eye wòyɔ eƒe nusiawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena; Ahosi dahe sia ƒe nusi wòtsɔ da ɖe eme la, wu nusi ame siawo tsɔ da ɖe nudzɔɖaka la me; elabena wo katã wotsɔ woƒe agbɔsɔsɔ vivivo la ƒe ɖe da ɖe eme; ke eya la tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi na eƒe agbenɔnɔ la, da ɖe eme.

Marko 14:3-7

Eye esi wòle Betania le Simon, dzɔbutɔ la, ƒe me le nuɖuƒe la, nyɔnua ɖe va kple alabastrogoe, si me nardomi nyuitɔ, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la le, eye wogbã goe la hetrɔe kɔ ɖe eƒe ta me. Ke eve dɔme na wo dometɔa ɖewo, eye wogblɔ bena: Amigbegblẽ sia gɔme ɖe? Elabena ɖe wònye be, wodzra ami sia la, ne axɔ asi awu denario alafa etɔ̃, si woatsɔ ana ame dahewo. Eye woblu ɖe eta li liʋiliʋi le eŋuti. Ke Yesu gblɔ bena: Mina mɔe; nuka ƒe fu ɖem miele nɛ mahã? Dɔ nyui wòwɔ nam. Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣesiaɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.

Marko 14:11

Ke esi wosee la, dzi dza wo, eye wodo ga ŋugbe nɛ be, yewoanae. Eye wòle asinu nyuia ɖe dim be, yeadee asi.

Luka 3:11

Eye wòɖo ŋu gblɔ na wo bena: Amesi awu eve le esi la, nena amesi ɖeke mele esi o, eye amesi nunyiame le esi la, newɔ nenema ke.

Luka 3:12-14

Eye nudzɔlawo hã va be, wòade mawutsi ta na yewo, eye wogblɔ nɛ bena: Nufiala, nuka wɔ ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Nusi ke woɖo na mi la, migaxɔ xɔɖedzi o.“ Eye asrafowo hã biae gblɔ bena: Miawo hã nuka wo ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o, eye miaƒe fetu nadze mia ŋu!

Luka 6:20-21

Eye wowu eƒe mo dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi gblɔ bena; Woayra mi, amesiwo nye ame dahewo; elabena miawo toe nye mawufiaɖuƒe la. Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu.

Luka 6:24-25

Gake baba na mi kesinɔtɔwo; elabena miekpɔ miaƒe akɔfafa la xoxo. Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi.

Luka 6:29-30

Amesi ƒo tome ɖeka na wò la, nyẽ ekeme hã nɛ, eye amesi tso wò awu la, megagbe wò avɔ hã tsɔtsɔ nɛ o. Na nu amesiame, si le biawòm, eye amesi tso wò nu la, megabia ta se o.

Luka 6:32-33

Eye ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, akpedada kae li na mi? Elabena nuvɔ̃wɔlawo hã lɔ̃a amesiwo lɔ̃a wo. Elabena ne miewɔ nu nyui na amesiwo woa nu nyui na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã woa nenema ke.

Luka 6:34-35

Eye ne mieɖo nu na amesiwo miele mɔ kpɔm na be, woagaxee na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã ɖoa nu na nuvɔ̃wɔlawo, be woagakpɔ nenema nu ke. Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.

Luka 6:38

mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.

Luka 10:30

Eye Yesu xɔ dzi gblɔ bena: Amea ɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖaɖze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi woɖe abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi woku afã kple afã.

Luka 10:35

Eye esi ŋu eke la, etso denario eve na aƒeatɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ edzi, eye nusi ke nagagblẽ ɖe edzi la, nye la le nye tɔtrɔgbɔ me la maɖo eteƒe na wò.

Luka 11:3

Na miaƒe abolo, si asu mia nu gbesiagbe la mi!

Luka 11:13

Azɔ mí, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã? Yesu he nya ɖe farisitɔ, siwo di bena, yewoado vloe bebia dzesi tso dziƒo la ŋuti.

Luka 11:41-42

Gake mietsɔ nusiwo le eme la, wɔ nunana na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nuwo katã le dzadze na mi. Ke baba na mi farisitɔwo! Elabena mienaa ahamee kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia, eye mietoa ʋɔnudɔdrɔ̃ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti; ke esiawo le be, miawo, eye miagagblẽ ekeme hã ɖi mawɔmawɔ o.

Luka 12:13-15

Eye amea ɖe tso ameha la me gblɔ nɛ bena: Nufiala, gblɔ na nɔvinye be, wòamã domenyinyi la me kplim. Eye wògblɔ nɛ bena: Ame, amekae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numãla ɖe mia dzi mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.

Luka 12:16-21

Eye wòdo lo na wo gblɔ bena: Ŋutsu kesinɔtɔa ɖe ƒe anyigba wɔ nu geɖe; eye wobu le eɖokui me bena: Nuka wɔ ge mala? Elabena nyemekpɔ afisi maƒo nye kutsetsewo nu ƒu ɖo o. Eye wògblɔ bena: Esia mawɔ: mamũ nye avawo, eye matu gatɔwo, eye afima maƒo nye nukuwo kple nye nu nyuiwo nu ƒu ɖo. Eye magblɔ na nye luʋɔ bena: Luʋɔ, èkpɔ nu nyui geɖe, siwo nèdzra ɖo hena ƒe geɖewo: gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò. Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã? Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.

Luka 12:22-31

Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi míado o. Agbe la wu nunyiame, eye ŋutilã wu nutata. Mibu akpaviãwo ŋu bena, womeƒãa nu, alo ŋea nu o, eye nudzraɖo ƒe alo ava mele wo si o, ke Mawu nyia wo; miawo la mia tɔ vena wua xewo tɔ. Eye ameka le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã? Azɔ, esi miate ŋu le nu suetɔ wɔm o la, nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le nu mamleawo ŋuti mahã? Mibu dzogbenyãwo ŋu, alesi wowɔnae: Wometrea ɖeti, alo lɔ̃a avɔ o: ke mele egblɔm na mi bena: Salomo gɔ̃ hã le eƒe ŋutikɔkɔe katã me meɖo atsyɔ̃ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. Ke ne Mawu ɖo atsyɔ̃ alea na gbe, si le gbedzi egbe, eye etsɔ woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, geɖe wu wòawɔe na miawo, mi xɔseʋeetɔwo! Eye miawo la, migadi nusi miaɖu alo nusi miano o, eye miaƒe tamesusu naganyama mi o. Elabena nusiawo katã yome xexeame dukɔwo dina; ke mia Fofo nya bena, nusiawo hiã mi. Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.

Luka 12:33

Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.

Luka 12:34

Elabena afisi miaƒe nu nyui le la, afima miaƒe dzi hã lanɔ.

Luka 14:12-14

Eye wògblɔ na amesi kpee hã bena: Ne èɖo ŋdɔ- alo fiẽkplɔ̃ la, megayɔ xɔ̃wòwo alo nɔviwòwo, alo wò ƒometɔwo, alo hawòvi kesinɔtɔwo o, bena woawo hã nagakpe wò, eye woaɖo eteƒe na wò o. Ke boŋ, ne èɖo kplɔ la, yɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, eye nazu yayrame, esi naneke mele wo si be, woaɖo eteƒe na wò o ŋuti; ke woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.

Luka 14:33

Azɔ nenema ke mia dome amesiame, si megbe nusiwo katã le esi la o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.

Luka 15:8-10

Alo nyɔnu ka si klosalo ewo le, ne ebu ɖeka la, ɖe masi akaɖi, eye wòakplɔ xɔa me, eye wòaɖi vevie, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã? Eye ne ekpɔe la, ayɔ xɔlɔ̃awo kple aƒelikawo aƒo ƒu, agblɔ na wo bena: Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ klosalo, si mebu la. Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.

Luka 15:11-24

Eye wògblɔ bena: Ŋutsuvi eve le amea ɖe si; eye wo dome ɖevitɔ gblɔ na fofoa bena: Fofo, tsa nuawo ƒe akpa, si nye tɔnye la nam. Eye wòmã nuawo me na wo. Eye mede ŋkeke geɖea ɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye woʋu heyi anyigba didia ɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖabaɖa nɔnɔ. Ke esi wògblẽ wo katã vɔ la, dɔwuame sesẽa ɖe va anyigba ma katã dzi, eye hiã de asi etutu me. Eye wòyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe anyigba ma ƒe dumetɔa ɖe ŋu, eye wòdɔe ɖe eƒe abɔ me, be wòanyi hawo. Eye wòdi be, yeatsɔ akanyi, si hawo ɖuna la, ade yeƒe dɔ me, ke amea ɖeke menae a: Ke, esi wòyi eɖokui me la, egblɔ bena: Fofonye ƒe agbatedɔwɔla nenie kpɔ abolo sɔ gbɔ, ke nye la mele tsɔtsrɔ̃m le dɔwuame ta. Matsi tre, eye mayi fofonye gbɔ, eye magblɔ nɛ bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò. Nyemegadze be, nayɔm be viwò o; wɔm abe wò dɔlawo dometɔ ɖeka ene. Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ. Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o. Ke fofoa gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be miado nɛ, eye miɖe asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo; eye milé nyivi dami la ve, miwui, eye mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ; elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.

Luka 16:1-9

Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo hã bena: Ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si xɔnuvi le esi, eye wotso eyama nu nɛ bena, ele eƒe nuwo gblẽm. Eye wòyɔe gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, eye mese esia le ŋuwò mahã? Bu akɔnta le wò xɔnuvinyenye la ŋuti, elabena megale ŋu te ge anye xɔnuvi gbeɖe o. Ke xɔnuvi la gblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Nuka wɔ ge mala? Elabena nye aƒetɔ le xɔnuvinyenye la xɔm le asinye, nyemate ŋu ade agble o, eye migabia kpea ŋu nam. Menya nusi mawɔ bena, ne woɖem ɖa le xɔnuvinyenye la nu la, ne woaxɔm ɖe woƒe aƒewo me. Eye esi wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo katã va egbɔ ɖekaɖeka la, egblɔ na gbãtɔ bena: Ho nenie nènyi le nye aƒetɔ si mahã? Eye wògblɔ bena: Amigo alafa. Tete wògblɔ ne bena: Tsɔ wò fegbalẽ nabɔbɔ nɔ anyi, eye naŋlɔ kaba be blaatɔ̃. Eya yome wògblɔ na ame bubu bena: Ke wò ɖe, ho nenie nènyi? Eye wògblɔ bena: Bli golo alafa. Egblɔ nɛ bena: Tso wò fegbalẽ, eye naŋlɔ blaenyi. Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo. Eye nye hã mele egblɔm na mi bena: Mitso anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui bena, ne wo nu tsi la, woaxɔ mi ɖe agbadɔ mavɔwo me.

Luka 16:10-12

Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi woa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wola le nu geɖewo hã me. Eyaŋuti, ne miezu nuteƒewɔlawo le anyigbadzinu madzɔmadzɔwo me o la, ameka atso nyateƒenu ade mia si mahã? Eye ne míenye nuteƒewolawo le ame tutɔ ƒe nuwo me o la, ameka atso mia ŋutɔwo tɔ ana mi mahã?

Luka 16:13-14

Dɔlaa ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigbadzinuwo o. Eye farisitɔwo, siwo nye galɔ̃lawo la, se nusiawo katã, eye woɖo hehe ɖe eta.

Luka 16:19-31

Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me; ke ame dahea ɖe, si ŋkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ; eye wòle ɖiɖim be, yeaɖu nusiwo le dudum le kesinɔtɔ la ƒe kplɔ̃ dzi la, aɖi ƒo; ke avũwo hã va, eye woɖuɖɔ eƒe abiwo mo nɛ. Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii. Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu. Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena woatsɔ eƒe asibidenu ata tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me. Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem. Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gãa ɖe le mia kple miawo dome, ale bena, ne amewo le didim be, woatso afii ayi mia gbɔ la, womate ŋui o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mia gbɔ o. Eye wògblɔ bena: Ekema meɖe kuku na wò, fofo bena, nadɔe ɖe fofonye ƒe me; elabena nɔvi atɔ̃ le asinye, bena wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã nagava fukpeƒe sia o. Ke Abraham gblo bena: Mose kple nyagblɔɖilawo le wo si: woaɖo to woamawo! Eye wògbɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne amea ɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, wòatrɔ le woƒe dziwo me. Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.

Luka 17:33

Amesi ke le didim be, yeaɖe yeƒe agbe la, abui, eye amesi ke labui la, agaxɔe agbagbee.

Luka 18:12

Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nusiwo katã sua asinye la, ƒe ewolia nana.

Luka 18:22-23

Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme. Ke esi wòse esiawo la, evee ŋutɔ; elabena kesinɔtɔ ŋutɔ wònye.

Luka 18:24-27

Eye esi Yesu kpɔe la, egblɔ bena: Ale wòsẽ na amesiwo si nu le la be, wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la me enye esi. Elabena ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee. Ke amesiwo see la, gblɔ bena: Ekema ameka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe mahã? Eye wògblɔ bena: Nusiwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔe le Mawu gbɔ.

Luka 18:28-30

Ke Petro gblɔ bena: Kpɔ ɖa, miawo la miegblẽ míaƒe nuwo ɖi, eye miedze yowòme. Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖeke meli, si gblẽ aƒe alo srɔ̃ alo nɔviŋutsuwo alo dzilawo alo viwo ɖi le mawufiaɖuƒe la ŋuti, eye wòado kpo teƒeɖoɖo geɖe xɔxɔ awu le ɣeyiɣi sia me kple agbe mavɔ la xɔxɔ le xexe, si lava va la me o.

Luka 19:8

Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.

Luka 19:12-26

Eyaŋuti wògblɔ bena: Ame ŋkutaa ɖe yi ɖe anyigba didia ɖe dzi be, yeaxɔ fiaɖuƒe na ye ɖokui, eye yeagatrɔ agbɔ. Eye esi wòyɔ eƒe dɔlawo dome ame ewo ve la, etsɔ pounde ewo na wo, eye wògblɔ na wo bena: Mitrɔ le wo dzi, vaseɖe esime magagbɔ. Ke eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Mielɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mia dzi o. Eye wòva ve me, esi wòxɔ fiaɖuƒe la vɔ, eye wòtrɔ gbɔ la, bena ena woyɔ dɔla siawo, amesiwo si wòtsɔ ga ɖee la, vɛ nɛ, bena wòanya amesi ɖe vi, kple vi, si wòɖe. Eye gbãtɔ va do gblɔ bena: Aƒetɔ, wò pounde la ɖe vi pounde ewo ɖe edzi. Eye wògblɔ ne bena: Ehẽ, ɖɔla nyui, esi nèzu nuteƒewɔla le nu suetɔ me ŋuti la, ŋusẽ anɔ asiwò ɖe du ewo dzi. Eye evelia va gblɔ bena: Aƒetɔ, wò pounde la ɖe vi pounde atɔ̃. Eye wògblɔ na eya hã bena: Wò hã ànɔ du atɔ̃ dzi. Eye bubu va gblɔ bena: Aƒetɔ, kpɔ ɖa, wò pounde, si metsɔ dzra ɖo ɖe taku nu la, nye esi; elabena mevɔ̃ wò, esi nènye ame sẽŋuta ŋuti, ètsɔa nusi mèda ɖi o, eye nèŋea nusi mèƒã o. Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la, nukaŋuti mètsɔ nye ga na gasitsalawo, eye nye la le nye vava me la, ne maxɔe kple deme o mahã? Eye wògblɔ na amesiwo le tsitre le egbɔ la bena: Mixɔ pounde la le esi, eye mitsɔe na amesi pounde ewo le esi! Eye wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, pounde ewo le esi! Mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si nu le esi la, woana nui; ke amesi nu mele esi o la, nusi le esi hã la, woaxɔe le esi.

Luka 19:45-46

Eye esi wòyi ɖe mawuƒe la me la, ede asi amesiwo le nu dzram kple amesiwo le nu ƒlem la nyãnyã me do goe gblɔ na wo bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Eye nye aƒe la lanye gbedoxɔ; ɖee mia wo miewɔe adzodalawo ƒe do.“

Luka 20:22-25

Woɖe mɔ bena, miadzɔ nu na kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa? Eye esi wòdze si woƒe aɖaŋu vɔ̃a la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mifia denario lam: ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔe le edzi mahã? Eye wogblɔ bena: Kaisaro tɔe. Eye wògblɔ na wo bena: Eyaŋuti mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu!

Luka 21:1-4

Eye wòfɔ kɔ te kpɔ kesinɔtɔ, siwo tso woƒe nunanawo le dadam ɖe nudzɔɖaka la me. Eye wòkpɔ ahosi dahea ɖe, si tso lepta eve da ɖe eme le afima. Eye wògblɔ bena: Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã; elabena nenem me siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe; ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.

Yohanes 2:14-17

Eye wòkpɔ amesiwo le nyiwo kple alẽwo kple akpakpawo dzram kpakple amesiwo le ga ɖuɖɔm la bɔbɔ nɔ anyi le mawuƒe la me. Eye wòtsɔ kawo tro atam, eye wonyã wo katã do go le mawuƒe la me kpe ɖe alẽwo kple nyiwo ŋu, eye wòtrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi; eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o! Tete eye nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya, si woŋlɔ ɖi la dzi bena: „Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.“

Yohanes 6:27

Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.

Yohanes 6:35

Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye agbebolo la, amesi vaa gbɔnye la, dɔ mele ewu ge akpɔ o; eye amesi le dzinye xɔm le sesem la, tsikɔ mele ewu ge akpɔ o.

Yohanes 10:10-11

Fiafi la mevana o, ne menye le fififi kple wuwu kpakple gbegblẽ ta o. Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ.

Yohanes 12:4-8

Tete Yuda Iskariot, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, amesi le eyome ma fia ge la, gblɔ bena: Nukaŋuti womedze ami sia xɔ denario alafa etɔ̃, eye woatsɔe ana ame dahewo o mahã? Ke egblɔ esia, menye ame dahewo nu vem wòle o, ke boŋ fiafitɔ wònye, eye gakotoku la le esi, eye wòfia nusiwo wotsɔna dana ɖe eme. Tete Yesu gblɔ bena: Na mɔe, edzrae ɖo ɖi na nye ɖigbe. Elabena ame dahewo li kpli mi ɖaa; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.

Yohanes 16:23-24

Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi. Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.

Dɔwɔwɔwo 2:44-46

Eye amesiwo katã xɔe se la, nɔ afi ɖeka, eye wowɔ nuwo katã hamenui; eye wotsɔ woƒe anyigbawo kple woƒe ŋutinuwo dzra, eye wòmã wo me na wo katã le amesiame ƒe hiahiã nu. Eye gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ

Dɔwɔwɔwo 3:6

Ke Petro gblɔ bena: Klosalo kple sika mele asinye o; gake nusi le asinye la, eya mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me tsi tre, eye nazɔ azɔli!

Dɔwɔwɔwo 4:32-35

Eye xɔsetɔwo ƒe ha ƒe dzi kple luʋɔ le ɖeka, eye wo dome amea ɖeke meyɔa nusiwo le esi la be ye tɔ o; ke nuwo katã nye hamenu na wo. Eye apostolowo ɖi ɖase kple ŋusẽ gã le Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi la ŋuti, eye amenuveve gã le wo katã dzi. Elabena hiãtɔa ɖeke mele wo dome o; elabena ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ, eye wotsɔe ɖa ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.

Dɔwɔwɔwo 4:36-37

Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi, eye esi wòtsɔe dzra la, etsɔ ga la va da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu.

Dɔwɔwɔwo 5:1-4

Ke ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Anania, kple srɔ̃a Safira wotsɔ anyigba dzra, eye wotsɔ ga la ƒe ɖe ɣla, nusi me srɔ̃a hã nya, eye wotsɔ eƒe ɖe va da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu. Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã? Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.

Dɔwɔwɔwo 8:18-20

Ke esi Simon kpɔ bena, to apostolowo ƒe asidada ɖe ame dzi me wona Gbɔgbɔ kɔkɔe la, etso ga vɛ na wo gblɔ bena: Mina ŋusẽ sia nye hã, bena amesi ke dzi mada asi ɖo la, naxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la. Eye Petro gblɔ nɛ bena: Mia kple wò klosalo miatsrɔ̃, elabena ebu xa bena, yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga.

Dɔwɔwɔwo 11:29

Eye nusrɔ̃lawo do bena, wo dome amesiame nado nunanaa ɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la, alesi woate ŋui.

Dɔwɔwɔwo 20:33-35

Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o. Mia ŋutɔwo mienyae bena, asi siawo metsɔ wɔ dɔ heɖi nye ŋutɔ kple amesiwo kpe ɖe ŋutinye la ƒe nuhiahiãwo. Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“

Romatɔwo 2:21

ekem wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa? Wò amesi ɖe gbe ƒã bena, womegati fi o la, wòe fi fia?

Romatɔwo 12:20

Eyata ne do le wò futɔ wum la, na nuduɖui, ne tsikɔ le ewum la, na tsii; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi.

Romatɔwo 13:6-9

Esia ŋuti miedzɔa nu ɖo hã, elabena Mawu ƒe dɔtsɔlawo wonye, amesiwo na nenem nusia wɔwɔ dzi. Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui. Miganyi naneke ƒe fe le amea ɖeke si o, negbe mía nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena amesi ke le ame bubu lɔm la, ewu se la nu. Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“

Korintotɔwo I 6:9-10

Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.

Korintotɔwo I 13:3

Eye nenye ɖe megblẽ nye nuwo katã henyi ame dahewo, eye nenye ɖe metsɔ nye ŋutilã na, bene woafiãm, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne nyemenyo na naneke o.

Korintotɔwo I 16:1-2

Ke le nudzɔdzɔ na ame kɔkɔeawo ŋuti, alesi meɖoe na Galatia-hamewo la, nenema ke miawo hã miwɔ. Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.

Korintotɔwo 4:7

Ke kesinɔnu sia le mia si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ woatso o;

Korintotɔwo 4:18

esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.

Korintotɔwo 5:1

Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.

Korintotɔwo 8:3-5

Elabena mele ɖase ɖim bena, woa ŋutɔwo lɔ̃ na nu faa alesi wote ŋui, eye wona nu wu alesi wote ŋui hã. Eye wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me; eye menye alesi míekpɔ mɔ la ɖeɖeko o, ke boŋ wotsɔ wo ɖokui na Mawu gbã kpakple míawo hã to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me,

Korintotɔwo 8:9

Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.

Korintotɔwo 8:12-15

Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o. Elabena menye be, ame bubuwo nakpɔ gbɔɖeme, eye miawo míakpɔ xaxa hafi o, ke boŋ bene wòasɔ pɛ; ɣeyiɣi sia me miaƒe agbɔsɔsɔ, si glia go la, nanɔ woamawo ƒe hiãtuame teƒe, bene woamawo fe agbɔsɔsɔ, si gba go la, hã nava nɔ miaƒe hiãtuame teƒe, bene wòasɔ pɛ, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Amesi fɔ nu fũ la, mekpɔ ɖeke ɖe edzi o, eye amesi ke fɔe ʋee ko la, naneke mebiae o.“

Korintotɔwo 9:5

Ke mebui nu vevi bena, mexlɔ̃ nu nɔviawo, bena woadze ŋgɔ ava mia gea, bene woadzra yayra, si ŋugbe mieɖo xoxo la, ɖo ɖi, bene wòasɔ gbe abe yayra ene, eye menye abe ŋukeklẽ ene o.

Korintotɔwo 9:6-9

Ke esia gblɔm mele bena, amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me. Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzo la, eyae Mawu lɔ̃na. Ke ŋusẽ le Mawu si bena, amenuveve katã nagbã go na mi, bene miakpɔ agbɔsɔsɔ blibo la katã le nusianu me ɖaasi, eye miagba go awɔ ɖɔ nyui sia dɔ nyui. Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ehlẽ nu hena ame dahewo; eƒe dzodzoenyenye noa anyi tegbetegbe.

Korintotɔwo 9:10-13

Ke amesi tsoa nuku kple abolo hã kea nuƒãla, bene wòakpɔ nuɖuɖu la, ana nuku mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse natsi nyuie, bena miazu kesinɔtɔwo le nusianu me ahaɖe miaƒe dɔmenyonyo katã, si wɔ be, woada akpe na Mawu to mia dzi la afia. Elabena nunana sia ƒe subɔsubɔdɔ la menye ɖe wòde ame kɔkɔeawo ƒe hiãtutu nu ɖeɖe o, ke boŋ egba go le akpedada geɖe me hena Mawu hã; elabena subɔsubɔdɔ sia ƒe kpɔɖeŋu nyui la ana woakafu Mawu le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyuie me ʋuʋu la kple miaƒe hadede kple woawo kpakple amewo katã tso dzimekɔkɔ me la ŋuti;

Galatiatɔwo 2:10

negbe ɖeko bena miaƒe ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi; nusi kekeake nye hã medoa vevie wɔna.

Galatiatɔwo 5:14

Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“

Galatiatɔwo 6:7-10

Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Elabena amesi ƒã nu ɖe eƒe ŋutilã me la, aŋe gbegblẽ atso eƒe ŋutilã me; ke amesi ƒã nu ɖe Gbɔgbɔ me la, aŋe agbe mavɔ atso Gbɔgbɔ me. Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi! Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.

Efesotɔwo 3:8

nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,

Efesotɔwo 4:28

Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.

Filipitɔwo 2:4

amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ to dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu to la hã dzi!

Filipitɔwo 3:7-8

Gake nusiwo nye viɖe nam la, nu mawo ke mebu nu bubu le Kristo ŋuti. Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,

Filipitɔwo 4:11-19

Menye ɖe megblɔ esia le hiahiã ŋuti o; elabena nye la mesrɔ̃e bena, anyinɔnɔ, si ke me mele la, nadze ŋunye. Menya alesi mabɔbɔ ɖokuinye de anyi, eye meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la nasrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã, makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã. Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me. Gake la miewɔe nyuie be, miexɔ nam le nye xaxa me. Ke, mi Filipitɔwo hã, mienyae bena, le nyanyuie la ƒe gɔmedzedzea me, esi medzo le Makedonia la, hamea ɖeke mekpe de ŋunye le nunana kple nuxɔxɔ ƒe akɔnta gome o, negbe miawo ɖeɖekoe, eye esime menɔ Tesalonika gɔ̃ hã la, miedo nusi wo hiãm la ɖem zi ɖeka kple zi eve. Menye be, mele nane dim o, ke boŋ mele didim bena, kutsetse nasɔ gbɔ ɖe edzi na miaƒe akɔnta. Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ. Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.

Kolosetɔwo 3:2

Mitsɔ miaƒe tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu, menye anyigbadzinuwo ŋu o.

Tesalonikatɔwo I 5:16-18

Dzi nadzɔ mi ɖaa! Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe! Mida akpe le nusianu ŋuti; elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le Kristo Yesu me hena mi.

Tesalonikatɔwo II 3:10

Elabena esime mienɔ mia gbɔ hã la, míede se na mi bena, ne amea ɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã a.

Timoteo I 2:9

Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o,

Timoteo I 5:8

Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.

Timoteo I 6:6-10

Ke mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã. Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atso naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí. Ke amesiwo ɖina be, yewoayi kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsoa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ amea ɖewo ɖi, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.

Timoteo I 6:17

De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;

Timoteo II 3:2

Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo;

Tito 1:7

Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o;

Hebritɔwo 7:1-10

Elabena Melxizedek sia enye Salem-fia kple Mawu, dziƒoʋĩtɔ, nunɔla, amesi yi ɖakpe Abraham, le esime wògbugbɔ tso fiawo siƒe gbɔna, eye woayrae; amesi hã Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia na la; wotso ŋkɔ nɛ gbã be dzɔdzɔenyenye ƒe fia; ke emegbe la wotrɔe be Salem-fia, si gɔme enye ŋutifafa fia: Tɔ kple nɔ kple dzidzimenya mele esi o; ŋkekewo ƒe gɔmedzedze kple agbe ƒe nuwuwu meli nɛ o; ke boŋ Mawuvi la wòɖi, eye wònɔ anyi nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me. Ke mibu amesia, si Abraham, amegã xoxo la, tsɔ aboyonuawo ƒe ewolia na la, ƒe gãnyenye ŋuti kpɔ. Lewi-vi, siwo xɔ nunɔlanyenye la, se le woawo hã si, bena woaxɔ nuwo ƒe ewolia tso dukɔ, si nye wo nɔviwo la si me le se la nu, wònye Abraham ƒe ali me woawo hã wodo tso hafi; ke ame ma, si ƒe dzidzime metso wo gbɔ o la, xɔ nuwo ƒe ewolia tso Abraham si me, eye wòyra amesi si ŋugbedodo le. Ke ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesi nye gãtɔ la, yra amesi nye suetɔ. Eye le afisia la, amesiwo kuna la, xɔ nuwo ƒe ewolia: ke afime la, amesi ŋuti woɖi ɖase le be, ele agbe la, xɔnɛ. Eye woate ŋu agblɔ be: To Abraham dzi woxɔ nuwo ƒe ewolia le Lewi hã, amesi xɔa nuwo ƒe ewolia la si: elabena egale fofoa ƒe ali me ko, esime Melxizedek yi ɖakpee.

Hebritɔwo 11:24-26

Le xɔse me, esi Mose tsi la, egbe be, womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o; elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi via ɖe ko me, eye wobu ŋukpe, si wodo Kristo la, kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa.

Hebritɔwo 13:5

Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“

Hebritɔwo 13:16

Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.

Yakobo 1:9-11

Ke nɔvi, si nye ɖokuibɔbɔɖeanyila la, naƒo adegbe le eƒe kɔkɔɖedzi me; kesinɔtɔ la naƒo adegbe le eƒe bɔbɔdeanyi me; elabena enu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Elabena ɣe dzena kple ŋdɔbibi, eye wònana gbe la ƒuna, eye eƒe seƒoƒo laduduna, eye eƒe nɔnɔme nyui la gblẽna: Nenema ke kesinɔtɔ hã le yɔyrɔ ge le eƒe zɔzɔ me.

Yakobo 1:17

Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.

Yakobo 2:2-7

Elabena ne ŋutsua ɖe de sikasigɛ asi, eye wòɖo awu nyui heva yi ɖe miaƒe ƒuƒoƒe, eye ame dahea ɖe hã do awu ƒoɖi va me, eye mielé ŋku ɖe amesi do awu nyui la ŋu, eye miegblɔ bena: Wò la bɔbɔ nɔ teƒe nyui sia, eye miegblɔ na ame dahe la bena: Wò la tsi tre ɖe afima alo bɔbɔ nɔ afii le nye afɔɖodzinu te la, ɖe miede vovo amewo dome le mia ɖokui me, eye miezu tamesusu vɔ̃wo ʋɔnudrɔ̃lawo o mahã? Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã? Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã? Ɖe menye woawo kee gblɔa busunya ɖe ŋkɔ nyui, si wotsɔ yɔ mi la ŋuti o mahã?

Yakobo 2:8

Ne miewu fiasedede la nu le ŋɔŋlɔ la nu be: „Nalɔ̃ hawòvi, abe alesi nèlɔa ɖokuiwò ene la,“ ekema miewɔe nyuie.

Yakobo 2:14-17

Nɔvinyewo, ne amea ɖe gblɔ be, xɔse le ye si, ke dɔwɔwɔwo mele esi o la, viɖe ka wònye mahã? Ɖe xɔse ma ate ŋu axɔe ɖe agbe mahã? Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, eye mia dome amea ɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã? Nenema ke xɔse hã, ne dɔwɔwɔwo mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me.

Yakobo 4:3

Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.

Yakobo 4:13-15

Azɔ la miheyi, mi amesiwo gblɔna bena: Egbe alo etsɔ míayi du si kple du si me, eye mianɔ afima ƒe ɖeka, eye míatsa asi, eye míakpɔ viɖe! Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye. Le esia teƒe la ele na mi be, miagblɔ bena: Ne Aƒetɔ lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawo esi kple esi.

Yakobo 5:1-3

Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti! Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋuiwo ɖu miaƒe awuwo. Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle atrɔ zu ɖaseɖiɖi na mi, eye woaɖu miaƒe lãme keŋ abe dzo ene. Mieƒo nu nyuiwo nu ƒu le nuwuwu ŋkekeawo me.

Yakobo 5:4-5

Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me. Mieɖu nu vivi le anyigba dzi, eye miewɔ fewunuwo, mienyi miaƒe dziwo de wuwugbe la.

Petro I 1:7

bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;

Petro I 1:18

elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o,

Petro I 3:3-4

amesiwo ƒe lekewɔwɔ naganye gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo kple awudodo me o, ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.

Yohanes I 2:15-17

Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.

Yohanes I 3:17-18

Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã? Viwo, migana miatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ miatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.

Nyaɖeɖefia 3:16-18

Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me. Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o. Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu.

Nyaɖeɖefia 6:6

Eye mese gbea ɖe, abe nu gbagbe eneawo dome wòɖi le ene hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxa denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃a ɖeke ami kple wein o.

Nyaɖeɖefia 6:15-16

Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me; eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mia dzi, eye miɣla mi tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso alẽvi la ƒe dziku la nu;

Nyaɖeɖefia 13:16-17

Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu, bena amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko.

Nyaɖeɖefia 18:11-14

Eye anyigba dzi sitsalawo le avi fam, eye wole konyi fam le tawò; elabena amea ɖeke megale woƒe adzɔnuawo ƒle ge akpɔ o. Adzɔnu siawo nye: Sika kple klosalo kple kpe xɔasiwo kple adzagbawo kple aklala biɖibiɖi kple aɖabɛ kple seda kple awu dzi kple ati ʋeʋẽe ƒomeviwo katã kple nyiɖu ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple ati xɔasi kple gadzẽ kple ga kple kpe xɔasi ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple botsyo kple ami ʋeʋẽe kple atike ʋeʋẽe kple ami sisi kple lifi kple aha kple ami kple wɔ nyuitɔ kple lu kple aƒemelãwo kple alẽwo kple sɔwo kple tasiaɖamwo kple ame ƒeƒlewo kpakple amewo ƒe luʋɔwo. Eye atikutsetse, siwo dzroa wò luʋɔ la, dzo le gbɔwò, eye nu viviwo kple atsyɔ̃ɖonuwo katã bu ɖe wò, eye megale wo kpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.

Nyaɖeɖefia 18:15-17

Eye nusiawo ƒe adzɔdola, siwo to edzi zu kesinɔtɔwo la, woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti, anɔ avi fam, eye woanɔ konyi fam anɔ gbɔgblɔm bena: Baba, baba na du gã la! Eya, si do aklalabiɖibiɖiwu kple aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwu leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo! Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo golẽ petepete. Eye ʋumefia sia ʋumefia kple ʋuɖola sia ʋuɖola kple kahela sia kahela kpakple ƒu dzi dɔwɔlawo katã wole tsitre le adzɔge ke.

Nyaɖeɖefia 21:6

Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.

Nyaɖeɖefia 22:17

Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net