27 – Fukpekpe
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Fukpekpe.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Fukpekpe.
Tete srɔ̃a gblɔ nɛ bena: Egale wo blibonyenye me ɖe asi koa? Gbe Mawu, ne naku! Ke eya ɖo ŋu nɛ bena: Eƒo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Miexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe miaxɔ vɔ̃ hã oa? Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.
”womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o: míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o; woti mia yome, gake womegblɔ mi ɖi o; woxlã mi ɖe anyi, gake wometsrɔ mi o. Ɖaasi míetsɔa Yesu ƒe ku de mía ŋutilã ŋu nɔa tsatsami, bene Yesu ƒe agbe hã nado ɖe mía ŋutilã ŋu. Elabena ɣeawokatãyi me wotsɔ mi, amesiwo le agbe la, de asi na ku le Yesu ŋuti, bene Yesu ƒe agbe nado ɖe mía ŋutilã, si nye nu kuku la me. Eyata ku la sẽa ŋu le mia me: ke agbe la le mia me.
”Eyata ɖeɖi metea mia ŋu o: ke ne miaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe. Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí, esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.
”ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ la, megaɖu eya ƒe tsetsea ɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.
”Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò. Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me. Ŋu kple aŋɔka amie na wò, eye naɖu anyigba dzi amagbewo! Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!
”Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo. Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le. Eye esi Israel-viwo ƒe ɣli ɖi mese, eye mekpɔ, alesi Egiptetɔwo le fu wɔm wo la,
”Yehowa le aʋa wo ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!
”gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.
”Ne ete wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la,
”Ne miesubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la, ekema ayra ɖe wò nuɖuɖu kple wò nunono dzi, eye maxe mɔ na dɔléle, be mava mia dome o.
”Ne nu vɔ le nɔviwò si, eye wòdo ko la, ekema kpe ɖe eŋu, eye naxɔe abe amedzro alo gbɔwò me ene, bena wòanɔ agbe le gbɔwò.
”Mana anyigba dzi nata, miadɔ alɔ, eye amea ɖeke maɖo voɖi na mi o; manye lã wɔadãwo ɖa le miaƒe anyigba dzi, eye yi mato miaƒe anyigba dzi ayi o.
”ne mieɖe nye ɖoɖoawo ɖa, mieɖo vlo nye seawo, eye miewɔ nye seawo katã dzi o, eye mietu nye nubabla la, ekema nye hã mawo nu siawo mi, eye vovɔ̃ alé mi: Kpetri kple asrã ana miaƒe ŋkutome anyẽ ɖe me, eye miagbɔdzɔ: yakatsyɔ miaƒã nukuwo, elabena miaƒe futɔwo ava ha wo. Maɖe ŋku ata mi, miaƒe futɔwo asi mí, eye miaƒe adikãtɔwo aɖu mia dzi, eye ne amea ɖeke mele mia nyãm o hã, miade afa du me.
”Ne nu siawo katã va dziwò le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me, eye nèɖo xaxa me la, ekema atrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye aɖo to eƒe gbe; elabena Yehowa, wò Mawu la, Mawu nublanuikpɔla wònye, maɖe asi le ŋuwò alo agblẽ wò o, eye maŋlɔ nubabla, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo la be o.
”Eye Yehowa axe mɔ na dɔlélewo tsyo ƒomevi le ŋuwò, eye makplɔ Egiptedɔvɔ̃, siwo katã nenya la, aƒu wò o, ke boŋ akplɔ wo aƒu wò ketɔwo.
”Avɔ mevuvu le ŋuwò o, eye wò afɔ mete le ƒe blaneawo me o. Eyata nyae le wò dzi me bena, ɖe Yehowa le nu fiãm wò, abe alesi ŋutsu fia nunya via ene. Wo Yehowa, wò Mawu, ƒe seawo dzi, ne nato eƒe mɔ, eye navɔ̃e.
”amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae.
”Kpɔ ɖa, metso yayra kple fiƒode ɖo mia ŋku me egbea. Ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo mede na mi egbe la, anye yayra na mi. Ke ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe seawo o, eye miete ɖa le mo, si meɖo na mi egbe dzi hesubɔ mawu bubu, siwo mienyã o la, anye fiƒode na mi.
”Ne èho aʋa ɖe wò futowo ŋu, eye nekpɔ sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔ, si sɔ gbɔ wu wò la, megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli wò.
”Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèlé eƒe se, siwo katã meɖe na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, wò Mawu, atsɔ wò aɖo gã ɖe anyigba dzi dukɔwo katã nu.
”Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.
”Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, migavɔ̃ o, eye womegadzi ŋɔ na mi o, elabena Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o
”Yehowa ŋutɔ adze ŋgɔ-wò, eye wòanɔ anyi kpli wò, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.
”Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.
”Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.
”Eye Yosua gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o, milé dzi ɖe ƒo, eye mise ŋu! Elabena alea Yehowa awɔ miaƒe futɔ, siwo katã mia kple wo miele aʋa wo ge lae.
”Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe. Yehowa wɔa ahetɔ kple kesinɔtɔ, eyae ƒua ame anyi, eye wògafɔa ame ɖe dzii. Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.
”Tete Dawid ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ. Eye Yehowa se gbe, si wòdo ɖa ɖe anyigba la ta, eye dɔvɔ̃ la nu tso le Israel.
”Ɣemaɣi la Xizkiya lé dɔ de kuku ge; eye nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye mele agbe nɔ ge o. Tete wòtrɔ mo ɖe gli ŋu hedo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, kple alesi mewo nusi nyo le ŋkuwò me la. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli. Esi Yesaya mekpɔ do le dua titina o la, Yehowa ƒe gbe va egbɔ bena: Gbugbɔ yi ɖagblɔ na nye dukɔ ƒe amegã Xizkiya bena: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo, kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wò, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la ayi Yehowa ƒe me. Mada ƒe wuiatɔ̃ ɖe wò agbenɔŋkekewo dzi, eye maɖe mia kple du sia tso Asur-fia si me, eye makpɔ du sia ta le nye ŋuti kple nye dɔla Dawid ta.
”Mitsɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee, amesiwo dia Yehowa la ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ! Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ ta se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa! Miɖo ŋu eƒe nukunuwo, dzesiwo kple ʋɔnudɔdrɔ̃, si tso eƒe nu me,
”eye nye dukɔ, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, bɔbɔ eɖokui, wodo gbe ɖa, eye wodi nye ŋku me, eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, ekema masee le dziƒo, eye matsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye mayɔ dɔ woƒe anyigba la. Azɔ nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu, eye nye towo anɔ te ɖe gbe, si woaɖo ɖa le teƒe sia la ŋu.
”Eya la amegbetɔ ƒe abe li kplii, ke miawo la Yehowa, mia Mawu lae, li kpli mi, ne woakpe ɖe mia ŋu, eye wòawɔ miaƒe aʋawo. Tete dukɔ la ɖo ŋu ɖe Yuda-fia Xizkiya ƒe nyawo ŋu.
”tete ame dɔdɔa de va Hiob gbɔ gblɔ bena: Nyiawo le agble ŋlɔm, eye ledzinɔawo le gbe ɖum le wo xa, kasia Sabatɔwo va dze wo dzi, wole wo, eye wowu dɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò. Esi amesia gale nuƒoƒo dzi la, ame bubu va gblɔ bena: Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo dze alẽawo kple dɔlaawo dzi hefiã wo, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be meva gblɔe na wò. Esi mekpɔ ɖe nu le eme o le ame bubu va gblɔ bena: Kalɖeatɔwo dze aʋalɔgo etɔ̃ va dze kposɔawo dzi, wole wo, eye wowu ɖɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò. Esi amesia gale nuƒoƒo dzi le ame bubu va gblɔ bena: Esi viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo le nu ɖum, eye wole wein nom le wo nɔvi xoxoetɔ ƒe me la, kpɔ ɖa, ya ʋuɖua ɖe tso gbe dzi va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe eme wòmũ dze ɖekakpuiawo dzi woku, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be meva gblɔe na wò. Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa
”gblɔ bena: Amama mele tso ɖanye ƒe ɖɔ me, eye ama ma manɔ agayi Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ!
”Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta. Ke ɖo wò abɔ ɖa, ne nade asi eƒe ʋu kple eƒe ŋutilã ŋu kpoa, be magbe wo nya me ŋkuwo me keŋ ene oa? Tete Yehowa gblɔ na Satana bena: Kpa ɖa, ele asiwò me, ɖeko kpɔ eƒe agbe ta! Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me hekplɔ ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome. Eye wòbɔbɔ nɔ dzowo me hetsɔ sonu gaglɛ le ŋuti kumi.
”Tete srɔ̃a gblɔ nɛ bena: Egale wo blibonyenye me ɖe asi koa? Gbe Mawu, ne naku! Ke eya ɖo ŋu nɛ bena: Eƒo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Miexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe miaxɔ vɔ̃ hã oa? Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.
”Esi Hiob ƒe xɔlɔ̃ etɔ̃awo se dzɔgbevɔe, siwo katã dzɔ ɖe edzi la, wo dome amesiame tso wo de: Elifaz tso Teman, Bildad tso Suax, eye Zofar tso Naama; woɖo gbe ɖi kple wo nɔewo be, yewoayi aɖafa nɛ, eye yewoafa akɔ nɛ. Ke esi wota mo te le adzɔge la, womedze sii o: tete wofa avi kple ɣli, wo dome amesiame dze eƒe awu, eye wohlẽ ke ɖe ya me wòʋuʋu ɖe woƒe ta me. Eye wobɔbɔ nɔ anyi ɖe anyigba ɖe egbɔ ŋkeke adre kple zã adre; ke wo dometɔa ɖeke meƒo nu kplii o, elabena wokpɔ be, veve la nu sẽ ŋutɔ.
”Kpɔ ɖa, woayra amegbetɔ, si Mawu hea to na, eyata megado vlo ŋusẽkatãtɔ ƒe tohename o. Elabena edea abi eme ŋu, eye wògablanɛ, eƒoa ame, eye eƒe asi daa gbe le eŋu.
”Anye ne nye akɔ afa tso, be nyemesẽ nu le kɔkɔetɔ ƒe nyawo ŋu o, eye mati kpo le veve heliheli la me. Nukae nye nye ŋusẽ, be maɖo dzi, eye nukae nye nye nuwuwu, be magbɔ dzi ɖi?
”Ne dzi ɖe le amea ɖe ƒo la, ele be, xɔlɔ̃wo nafa tu nɛ, nenye be, edzudzɔ ŋusẽkatãtɔ la vɔvɔ hã.
”Nye ŋutilã dze nyẽ, eye wòƒo anyi; nye ŋutigbalẽ lé akpɔ, eye wògagbã tsi,
”Agana nu koko nayɔ wò nume, eye aseyetsotso nano wò nuyi nu.
”Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ, eyata mana konyifafa naɖo bababa, eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me.
”ekema àŋlɔ wò hiãkame be, eye wòanɔ ŋku dzi na wò abe tsi, si si va yi la ene. Wò agbenɔnɔ me akɔ wu ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye ne edo viviti hã la, akɔ ahe ŋdi ene. Wò dzi adze eme, elabena mɔkpɔkpɔ li, atsa ŋu afisiafi, eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ. Amlɔ anyi, eye amea ɖeke maɖo vodi na wò o, eye ame geɖewo akɔ mo ɖe ŋuwò.
”Ke miawo la, ami ɖem miele ɖe aʋatso, eye gbedala dzodzrowo mienye.
”Kpɔ ɖa, ele wu ye ge tsã, eya ko sinu kpɔm mele; ke ɖeko mebe, maʋu go nye zɔzɔme ɖe ŋku me nɛ,
”evɔ wònye menyunyɔ abe nu ŋɔɖua kple avɔ, si agbagblaʋui du la, ene hafi.
”Negbe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ƒe veve ko wòsena, eye eya ŋutɔ ƒe luʋɔ koe xaa nu.
”Nye ŋutigbalẽ kple nye ŋutilã le ɖe nye ƒu ŋu, negbe nye nye koe kpɔtɔ.
”Ke nyea menyae be, nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me. Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu.
”Azɔ nye luʋɔ lólo gbanaa ɖe dɔme nam, eye hiãŋkekewo lém. Wowlua nye ƒuwo me le zã heɖea wo ɖa le ŋunye, eye ɖunyelawo megbɔna ɖe eme o.
”Nye dɔkaviwo le tòtom klɔklɔklɔ atraɖii, eye hiãŋkekewo ƒo ɖe dzinye. Menyɔ tsiɖitsiɖi le yiyim, evɔ menye ɣee fiãm o; metso le takpekpe me hele boboe dom. Mezu agbotoewo nɔvi kple hati na golowo. Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖi heflo le ŋunye, eye dzoxɔxɔ na nye ƒuwo fiã.
”Wotsɔa vevesese hã hea to nɛ le eƒe aba dzi, eye eƒe ƒuwo nɔa eɖum ƒuƒuƒu. Nuɖuɖu nyɔa ŋu nɛ, eye eƒe luʋɔ nyɔa ŋu eƒe nuɖuɖu lɔlɔ̃a. Lã vɔ le eŋu, ale be meganya le kpɔkpɔm o, eye eƒe ƒu, siwo medzena tsã o la, tsi go glaŋglaŋ; ale be eƒe luʋɔ gogo yɔdo, eye eƒe agbe gogo saɖagatsi.
”Ɖe amea ɖe gblɔ na Mawu kpɔ be: Mekpe fu, evɔ wònye nyemewɔ vɔ̃a ɖeke o hafia? Nusi kpɔm nyemele o la, fiaem, eye ne mewɔ nu madzɔmadzɔa ɖe la, nyemagawɔe azɔ oa?
”Eye Yehowa gaɖo Hiob tè, le esi wòde kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve. Eye nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo katã kpakple eƒe ame nyanyɛ tsãtɔwo katã va egbɔ; woɖu nu kplii le eƒe me, eye wodo baba nɛ hefa akɔ nɛ le dzɔgbevɔ̃e, siwo katã Yehowa he va edzi la ta, eye wo dome amesiame tsɔ kesita ɖekaɖeka kple sikasigɛ ɖekaɖeka nɛ.
”Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu. Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu! Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.
”Ke wò, Yehowa, enye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi. Metso gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe ta dze. Sela. Memlɔ anyi, eye meɖɔ alɔ; meganyɔ, elabena Yehowa lém ɖe asi. Ame akpe nane, siwo ho ɖe to ɖem goɖoo la, mele ŋɔ dzim nam o.
”Mamlɔ anyi le ŋutifafa me adɔ alɔ̃ enumake: elabena wò, Yehowa ɖeɖeko ana manɔ dedie.
”Yehowa, ve nunya, elabena nu te ŋunye belibeli; da gbe le ŋunye, elabena ŋɔdzi lé nye ƒuwo! Dzidzi ƒo nye luʋɔ ŋutɔ! Eye wò Yehowa, vaseɖe ɣekaɣie? Yehowa, trɔ kɔ, ne naɖe nye luʋɔ, xɔ nam le wò amenuveve la ta!
”Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me. Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, megblẽa amesiwo dia yowòme mɔ la ɖi o.
”Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa:
”Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo.
”Yehowa, vaseɖe ɣekaɣi naŋlɔm be ɖikaɖika, eye vaseɖe ɣekaɣi naɣla wò ŋku me ɖem? Yaseɖe ɣekaɣi mana ŋugble dem le ɖokuinye me, eye nuxaxã anɔ nye dzi me gbesiagbe? Vaseɖe ɣekaɣi nye futɔ akɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye?
”Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o. Eyata nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye bubu le aseye tsom, nye ŋutilã hã anɔ anyi dedie. Elabena màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o. Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.
”Dzram ɖo abe gadaglamakui le ŋkuvi me ene; ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te tso ame vɔ̃ɖi, siwo dze dzinye, kple nye futɔ, siwo nyrã de to ɖem la, si me.
”Na henɔ la, tso Yehowa ƒe dɔla Dawid gbɔ, amesi gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le ɣeyiɣi, si me Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã si me kpakple Saul si me. Eye wògblɔ bena: Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o; Yehowa, nye agakpe, nye ma kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso, nye akpoxɔnu, nye xɔname ƒe dzo kple nye bebeƒe! Meyɔ Yehowa, amesi dze kafukafu, eye wòɖem tso nye futɔwo si me. Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, eye gbegblẽ ƒe tɔʋuwo do dzikatsoƒoe nam. Tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm, eye ku ƒe adoboliwo va di kpem. Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.
”Elabena medo vlo, eye menya ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wodo ɣli nɛ la, eɖo to.
”Dawid ƒe ha. Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehlãam o. Lãnyiƒe damawo wona metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii. Ena nye luʋɔ gbɔ de eme, ekplɔm to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta. Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam. Eɖo kplɔ̃ ɖe akɔnye me le nye ketɔwo ŋku me; èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gba go. E, dzɔgbenyuie kple amenuveve adze yonyeme le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye mana Yehowa ƒe me ɖaa.
”Trɔ kɔ ɖe ŋunye, eye nave nunye, elabena metsi akogo, eye mele hiã ɖim. Nye dzimexãxàwo do gã de dzi, dem tso nye hiãwo me! Kpɔ nye nuxaxa kple nye hiã ɖa, eye natsɔ nye nuvɔ̃wo katã kem!
”Dawid tɔ. Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam? Ne ame vlowo, nye ketɔwo kple nye futɔwo lũ ɖe dzinye, be yewoaɖu nye lã la, woakli nu adze anyi. Ne aʋakɔ ƒu asaɖa ɖe ŋunye ha la, dzika matso ƒonye o. Ne aʋa ho ɖe ŋunye ale keke hã, nyea maɖe dzi ɖi. Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me. Elabena etsyɔ nu dzinye ɖe eƒe agbadɔ me le dzɔgbevɔ̃egbe, eye wòɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe; ekɔm ɖo agakpe dzi.
”Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.
”Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.
”Yehowa, nye Mawu, wòe medo ɣli na, eye neda gbe le ŋu nye. Yehowa, wòe he nye luʋɔ tso tsiẽƒe, eye nègbɔ agbem tso amesiwo yi aʋli me la dome. Midzi kafukafuha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elabena eƒe dziku nu mesena yina o, ke eƒe amenuveve nɔa anyi agbenɔɣi katã; fiẽ la avi dzɔna, ke ŋdi la aseyetsotso vaa aƒe.
”Viɖe ka le nye ʋu ŋu, ne meyi aʋli me? Ɖe ʋuʋudedi akafu wò, eye wòaɖe gbe ƒã wò nuteƒewɔwɔa? Yehowa, see, eye nave nanye; Yehowa, nanye nye xɔnametɔ! Ena nye nuxaxa zu ɣeɖuɖu nam; èɖe akpanya le ŋunye hetsɔ dzidzɔ bla ali dzi nam, ne nye bubu nadzi kafukafuha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. Yehowa, nye Mawu, makafu wò tegbee!
”Ƒu to anyi ɖe ŋunye, ɖem asi tsɔtsɔe; zu agakpe, si nye sitsoƒe nam, kple mɔ̃ sesẽ, ne naxɔ nam! Elabena wòe nye nye agakpe kple nye mɔ̃ sesẽ, eye alé nye alɔnu akplɔm le wò ŋkɔ la ta,
”Ve nunye, Yehowa, elabena meɖo xaxa me, nuxaxa na nye ŋku, luʋɔ kple ŋutilã lé ayi. Elabena nye agbe nu yi le konyifafa me kple nye ƒewo le hũɖeɖe me; nye vodada na nye ŋusẽ nu tsi, eye nye ƒuwo nyunyɔ. Mezu alɔmeɖenu na nye ketɔwo katã kple nye aƒelikawo vevie ŋutɔ; mezu bibi na nye ame nyanyɛwo, eye amesiwo kpɔam le kpɔdomee la, sina le nunye. Woŋlɔm be le dzi me abe ame kuku ene, eye medi ze gbagbã.
”Asiwò me nye agbe me nyawo le, ɖem tso nye futɔwo kple yonyemetilawo si me!
”Elabena esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyonyo. Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã, ŋdɔ heliheli na nye ƒuto me mi no. Sela.
”Ke boŋ Yehowa ƒe ŋku le amesiwo vɔ̃nɛ ŋu, amesiwo le eƒe amenuveve sinu kpɔm, be wòaɖe woƒe luʋɔ tso ku me, eye wòalé woƒe agbe ɖe te le dɔŋɔli.
”Yehowa ƒe ɖɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.
”Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu. Yehowa klẽ ŋku ɖe amesiwo le vɔ̃ wɔm la, ne yeatsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi. Wodo ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo tso woƒe xaxawo katã me. Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi. Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me. Ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta, womaŋe wo dometɔa ɖeke o.
”Ke ne wole dɔ lém la, nyea metaa akpanya, metsɔa nutsitsidɔ wɔa funyafunya nye luʋɔ, eye nye gbedodoɖa ɖoa ta nye akɔme, abe xɔ̃nye kple nɔvinyeŋutsu wonye ene; meƒo ɖi ɖo dɔgɔ̃e le yiyim, abe amesi le fu nyim na dada ene.
”Mawu, wò amenuveve xɔ asi loo! Amegbetɔviwo be ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te. Woɖi ƒo kple aƒewò me nu gbogboawo, eye nèkpe wò vivisese ƒe tɔsisi na wo wono ɖi kɔ. Elabena gbɔwò agbedzɔƒe le, eye wò kekeli me míele kekeli kpɔm le.
”Aƒetɔ la le ekom, elabena ekpɔ be, eƒe ŋkeke li gbɔna. Ame vɔ̃ɖiwo di yi, eye wova woƒe da me, ne woaxlã hiãtɔwo kple ame dahewo ɖe anyi, eye woawu amesiwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la. Ke woƒe yi aƒo ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzi, eye woƒe da aŋe.
”Lé ŋku ɖe eme maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si.
”Agbagbeƒea ɖeke mele nye lãme o le wò dɔmedzoe la ta; ŋutilafaa ɖeke mele nye ƒuwo me o le nye nuvɔ̃ ta. Elabena nye vodadawo gbɔ tanye, eye wole kpeyem ŋutɔ abe agba kpekpe ene. Nye abiwo le ʋeʋẽm le tsi kplɔm yoo le nye bometsitsi ta. Mexa gobaa, eye mebi ŋutɔ, meƒo ɖi le yiyim ŋkekeawo katã. Elabena nye alime ʋu dzo hẽ, eye agbagbeƒea ɖeke mele nye lãme o. Megbɔdzɔ, eye nye lãme gbã gudugudu, mele ɣli dom wu alesi dzata ɖea gbee. Aƒetɔ, ŋkuwò me nye didiwo katã le, eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe wò o. Nye dzi le totrom, nye ŋusẽ gblẽm ɖi, eye nye ŋkuwo ƒe kekeli hã megale gbɔnye o.
”Ɖe wò hiãkame ɖa le ŋunye, wò asi ƒe avuwɔwɔ kplim na metsrɔ̃. Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela. Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo nede to me na wò, eye megazi kpi kpɔ nye aɖatsiwo o, elabena amedzro menye le gbɔwò, eye amegbɔme menye abe fofonyewo katã ene.
”Ehem tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo, ede ha yeye nunye kple kafukafuha na mía Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖo wo, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.
”Ke wò, Yehowa, mate wo nublanuikpɔkpɔ da le gbɔnye o; wò amenuveve kple wò nyateƒe akpɔ tanye ɖaa.
”Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aha dzi nɔnɔ bubui. Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!
”Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui, eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la! Mawunye! Nye luʋɔ le nu xam le menye, eyata mele ŋku ɖom dziwò le Yordan-nyigba, Hermon-to kple to sue la dzi.
”ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la! Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!
”Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu. Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me. Eyata míavɔ̃ o, nenye be, anyigba gli le enu, eye towo ʋã le atsiaƒu titina,
”Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi! Yehowa Zebaot li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye mɔ̃ sesẽ na mí! Sela.
”Elabena Mawu siae nye mía Mawu ɖaa tegbee, eye akplɔ mí vaseɖe ku me.
”Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!
”Na mase dzidzɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu, siwo nèŋe la, nagli kple dzidzɔ!
”Vɔsewo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote de anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.
”Ame dzɔdzɔewo lakpɔe, eye dzika atso wo ƒo, eye woakoe be: Kpɔ ɖa, ŋutsu, si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ̃ sesẽe o, ke boŋ wòɖo dzi ɖe eƒe kesinɔnu sɔgbɔawo ŋu, eye wòtɔ asi kɔ ɖe eƒe nuwo ŋu la enye si!
”Eɖe nye luʋɔ tso amesiwo le tetem ɖe ŋunye la si me, eye wòna ŋunye fe; elabena amesiwo tso ɖe ŋunye la, sɔ gbɔ ŋutɔ.
”Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔtawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.
”Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa ŋu ɖe ŋuwò. Mawu ana be, makafu yeƒe nyia la; Mawu ŋu maɖo ŋu ɖo, nyemavɔ̃ o, nuka ŋutilã awɔm ma? Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawo vɔ̃ ɖe ŋunye. Wokpe ta, wode xa, eye wole ŋku ɖem ɖe nye afɔkpodzi, abe alesi wole nye luʋɔ yome dimee ene.
”Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?
”Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma? Mawu, menyi adzɔgbeɖefe le asiwo, matsɔ akpeɖavɔsa axee na wò. Elabena èɖe nye luʋɔ tso ku me, eye nèxɔ na nye afɔwo tso nukikli me, ne mazɔ le Mawu ŋku me le agbagbeawo ƒe kekeli me.
”Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me. Ve nunye, Mawu, ve nunye; elabena gbɔwò meɣla ɖo, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mehe ɖo, vaseɖe esime gbegblẽ la nu nayi!
”Ke wò, Yehowa, èle wo kom, eye nele alɔme ɖem le dukɔwo katã ŋu. Nye ŋusẽ, asiwò nu kpɔm mele, elabena Mawu enye nye sitsoƒe.
”Ke nye la madzi ha le wò ŋusẽ ŋu, eye le ŋdi la matso aseye ɖe wò amenuveve ŋu, elabena wòe nye nye mɔ̃ sesẽ kple sitsoƒe le nye xaxaɣi. Nye ŋusẽ, wòe madzi ha na, elabena Mawu, nye amenuveve ƒe Mawu lae nye nye sitsoƒe.
”Dawid tɔ na kasaŋkuwo ƒe henɔ. Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu! Anyigba ƒe mlɔenu ke mele yɔwòm tsoe, esime nu te nye dzi ŋu; tsɔm ɖo agakpe, si kɔ nam akpa la dzi! Elabena ènye sitsoƒe nam kple xɔ tsrala sesẽ le futɔ la ŋku me. Medi be, mana wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala te. Sela.
”Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun. Nyateƒee, doɖoe zi le nye luʋɔ ŋu kpoo na Mawu, eya gbɔ nye xɔname tso. Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã akpe o.
”Nye luʋɔ, zi ɖoɖoe na Mawu kpoo ko, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso. Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o! Nya xɔname, nye bubu kple nye ŋusẽ ƒe aga le Mawu gbɔ, eye Mawu me nye sitsoƒe le. Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo le eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe! Sela.
”Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi. Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi. Ale metsa ŋu na wò le kɔkɔeƒe la, be makpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe. Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò. Ekema makafu wò le nye agbe me katã, eye mawu nye asiwo dzi le wò ŋkɔ me. Nye luʋɔ aɖi ƒo, abe alesi woɖua ami kple lãmi ene, eye nye nu atsɔ aseyetsonuyiwo akafu wò. Ne medo ŋku dziwo le nye aba dzi, ne menya le zã, eye mebu ŋuwò le, — elabena wòe nye nye kpeɖeŋutɔ, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mele aseye tsom le — ekema nye luʋɔ kuna ɖe ŋuwò; wò nuɖusi vaam goŋgoŋ.
”Tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Mawu, amesi kplɔa ame tsigbewo va aƒee, eye wòkplɔa gatɔwo yia dzɔgbenyuie mee; ke tosẽlawo atsi kuɖinyigba dzi.
”Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã! Mawu, wò dzɔdzɔenyenye kɔ de dziƒo ke; wò amesi wɔ nu gãwo, Mawu, amekae ɖe nuwò ma? Wò amesi na míekpɔ hiã kple dzɔgbevɔ̃e geɖe la, wò kee agbɔ agbe mí, eye nahe mí tso anyigbatu me ke ava dzii. Adzi nye gãnyenye ɖe dzi, eye agafa akɔ nam. Ekema nye hã matsɔ saŋku akafu wò le wò nyateƒe la ta, nye Mawu; maƒo gakasaŋku na wò, wò Israel ƒe kɔkɔetɔ. Nye nuyiwo kple nye luʋɔ, si nèɖe la, atso aseye, ne mele saŋku ƒom na wò.
”Ke mele gbɔwò ɖaa, eye nèlé nye nuɖusi ɖe asi. Akplɔm le wò adaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu. Amekae le dziƒo nam? Nyemele naneke dim le anyigba dzi kpe ɖe ŋuwò o. Ne nye ŋutilã kple nye dzi nu yi hã, Mawue nye nye dzi ƒe sitsoƒe kple nye gome tegbee.
”Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo!
”Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi ɖe menye ke; nye dzi kple nye ŋutilã le aseye tsom de Mawu gbagbe la ŋu. Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afisi wòatsɔ viawo aɖoe, eye nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot, nanye kple Mawunye. Woayra amesiwo le aƒewò me la; woakafu wò ɖaa. Sela.
”Mayɔ wò le nye xaxagbe, elabena àɖo tom.
”Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye, eye nèɖe nye luʋɔ tso keke tsiẽƒe ʋi ke.
”Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe! Ŋutsu kae le agbe, mekuna o, eye wòɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe si me? Sela.
”Mose, Mawu ƒe ame, ƒe gbedodoɖa. Aƒetɔ, sitsoƒe nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime.
”Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la, eya gblɔna na Yehowa be: Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nenye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo. Elabena aɖe wò tso xevimɔ̃trela ƒe adoboli me, tso dɔvɔ̃, si gblẽa nu me. Atso eƒe fu atsyɔ dziwò eye eƒe aʋala fe nabe ɖo; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe nyateƒe la. Mava zã me ŋɔdzi kple aŋutrɔ, si le ʋɔ lũm le ŋkeke me, ɖɔvɔ̃, si le zɔzɔm le blukɔ me, kple dɔ xɔleameŋua, si le nu gblẽm le ŋdɔ la o. Akpe nenɔ anyi dzem ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusi me, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o!
”Elabena Yehowa enye wò si tsoƒe, eye dziƒoʋitɔ la nètsɔ wɔ nɔwòƒee. Dzɔgbevɔ̃e maƒo go wò o, eye hiãkame mate ɖe wò agbaɖɔ ŋu o. Elabena adɔ eƒe dɔlawo ɖe ŋuwò, ne woakpɔ tawò le wò mawo katã dzi. Asi me woakɔ wò ɖo, ne màgatsɔ wò afa axlã ɖe kpea ɖeke o. Azɔ dzata kple ƒli dzi, eye enya avuzi le dzatavi kple ʋɔ driba dzi. Maɖee, elabena eku ɖe ŋunye; makɔe aɖo kɔkɔƒe, elabena enya nye ŋkɔ. Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu. Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye mana wòakpɔ nye xɔname.
”Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.
”Ke Yehowa enye nye mɔ sesẽ, eye nye Mawu enye nye sitsoƒe ƒe aga.
”Akpedada. Anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu! Misuhɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋku me! Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye. Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ! Elabena Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.
”Hiãtɔ ƒe gbedodoɖa, ne nu te eŋu, eye wòtrɔ eƒe konyifafawo ƒo ɖe Yehowa ŋku me. Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò! Megaɣla wò mo ɖem le nye xaxagbe o, ƒu to anyi ɖe ŋunye! Netsɔ, naɖo tom le gbesigbe meyɔ wò! Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe adzudzɔ ene, eye nye ƒuwo biã hẽ abe dzo ene. Nye dzi yrɔ, eye wòƒu abe gbe ene; elabena meŋlɔ aboloɖuɖu be. Nye ŋutilã miã ɖe nye ƒu ŋu le nye ŋeŋe sesĩ la ta.
”Nye ŋkekewo le abe vɔvɔli, si ɖo to la ene, eye meƒu abe gbe ene. Ke wò Yehowa la, èli tegbee, eye wò ŋkɔ le dzidzimewo katã me.
”Dawid tɔ. Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye nusianu, si le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o! Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu, amesi ɖea wò agbe tso gbegblẽ me, eye wòtsɔa amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò,
”Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, akewɔ míenye. Amegbetɔ ƒe agbe la gbe wònye, eƒoa se abe seƒoƒo le gbe me ene. Elabena ne ya ƒo to edzi la, meganɔa anyi o, eye eteƒe megadzea sii o. Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,
”Exɔ na wo zi geɖe; ke woawo se to le woƒe aɖaŋudedewo nu, eye woyi to le woƒe vodadawo me. Ekpɔ woƒe hiã la ɖa, eye wòse woƒe ɣli. Eɖo ŋu eƒe nubabla le wo ta, eye wòvee le eƒe amenuveve geɖe la nu. Eye wòna amesiwo katã ɖe aboyo wo la, kpɔ nublanui na wo.
”Dɔ kple tsikɔ wu wo, nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me. Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me; eɖe wo tso woƒe xaxa me
”Elabena ena luʋɔ tsikɔwuwo ɖi kɔ, eye wòtsɔ nu nyui di ƒo na luʋɔ dɔwuiwo. Wobɔbɔ nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, eye wobɔ pã wo ɖe hiã kple ga me. Elabena wosẽ to ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu, eye wodo vlo dziƒoʋitɔ la ƒe adaŋudede, ale be wòtsɔ hiãkame bɔbɔ woƒe dzi ɖe anyi, womu ya, ke xɔnametɔa ɖeke meli ti. Tete woɖo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxa me. Eɖe wo tso viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, eye wòtso woƒe gawo.
”Bometsilawo wonye, amesiwo kpe fu le woƒe dzidadawo kple woƒe vodadawo ta. Nuɖuɖuwo katã nyɔ ŋu na woƒe luʋɔ, ale be woɖo ku ƒe agbo nu. Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxa me. Edo eƒe nya da wòyɔ dɔ wo, eye wòhe wo tso woƒe ʋe la me.
”Nye luʋɔ, gagbɔ ɖe me, elabena Yehowa wɔ nyui na wò! Elabena eɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋku tso aɖatsi me kple nye afɔ tso anyidzedze me. Mazɔ le Yehowa ŋku me le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
”Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le Yehowa ŋku me.
”Meyɔ Yehowa le xaxa me, Yehowa tɔ nam hetsɔm ɖo teƒe keke. Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?
”Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegbetɔwo ŋu. Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegãwo ŋu.
”Nyemaku o, ke boŋ mana agbe axlẽ Yehowa ƒe ɖówɔwɔwo afia.
”Yehowa he to nam, gake medem asi na ku o.
”Nye luʋɔ le ɖe anyigba ŋu, gbɔ agbem le wò nya la nu.
”Nye luʋɔ fa aɖatsi le nuxaxa ta; fam ɖe tsitrenu le wò nya la nu!
”Esia nye akɔfafa nam le nye hiã me be, wò nye la gbɔ agbem.
”Hafi woava bɔbɔm ɖe anyi la, metra mɔ, ke azɔ le melé ŋku ɖe wò nya ŋu.
”Enyo nam ŋutɔ be, wobɔbɔm ɖe anyi, ne masrɔ̃ wò ɖoɖowo.
”Yehowa, menyae be, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe, eye nèbɔbɔm ɖe anyi le nyateƒe la me. Wò amenuveve nenye akɔfafa nam le wò ŋugbedodo na wò dɔla la nu. Wò nublanuikpɔkpɔ neva dzinye, ne mana agbe, elabena wò se la enye nye dzidzɔ.
”Ɖe menye wò see nye nye dzidzɔ o la, anye ne metsrɔ̃ ɖe nye hiã me. Nyemaŋlɔ wò sewo be tegbee o, elabena woawo nétsɔ gbɔ agbem.
”Wobɔbɔm ɖe anyi ŋutɔ, Yehowa, gbɔ agbem le wò nya la nu.
”Hiã kple xaxa dzɔ de dzinye, ke wò seawo nye nye dzidzɔ.
”Nye xɔname atso Yehowa, dzikple anyigbawɔla gbɔ.
”Yehowa adzɔ ŋuwò tso vɔ̃wo katã me, adzɔ wò luʋɔ ŋu. Yehowa adzɔ wò dodo kple wò gbɔgbɔ ŋu tso fifia ɖaseɖe mavɔ me.
”Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso. Azɔli dzi wole le avi fam hele nuku ƒaƒãwo tsɔm, ke wotsɔ lu bablawo gbɔ va aƒee kple dzadzɔ.
”Mele mɔ kpɔm na Yehowa, nye luʋɔ le mɔ kpɔm, eƒe nya sinu dzɔm mele. Nye luʋɔ le mɔ kpɔm na Aƒetɔ la wu zãdzɔla na ŋdi, wu zãdzɔla gɔ̃ na ŋdi.
”Dawid ƒe ha na henɔ la. Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye nakpɔ tanye tso ŋutsu ŋutasẽlawo si me! Amesiwo le nu vɔ̃ɖi susum ɖe dzi me, eye wole aʋawɔwɔ dim gbesiagbe; wole woƒe aɖewo nyrem abe da fɔ ene; ƒli ƒe aɖi le woƒe nuyiwo te. Sela.
”Menyae be, Yehowa adrɔ̃ nya na hiãtɔwo, eye wòatso na ame dahewo.
”Dawid ƒe nufiameha, esime wònɔ agado me; gbedodoɖa. Metsɔ nye gbe do ɣli na Yehowa, nye gbe metsɔ ƒo koko na Yehowa. Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋku me, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋku me. Ne nu te nye gbɔgbɔ ŋu la, ènyaa tonyeƒe. Woɖo adoboli ɖe mɔ, si dzi metona la dzi nam. Ɖe ŋku ɖe ɖusi me, eye nakpɔ nu, nye ame nyanyɛa ɖeke meli o, eye sitsoƒe bu dem; amea ɖeke meli, si biaa tanye sena o. Yehowa, wòe mele ɣli dom na le gbɔgblɔm be: Wòe nye nye sitsoƒe kple nye gome le agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Le to ɖe nye nuxaxa ŋu, elabena nu ti kɔ nam ŋutɔ; ɖem tso yonyemetilawo si me, elabena wotri akɔ wum. Ɖe nye luʋɔ tso gaxɔ me, ne makafu wò ŋkɔ. Ame dzɔdzɔewo aƒo ƒu ɖe ŋunye, nenye be, nèwɔ nyuie nam.
”Meke nye alɔwo me na wò; nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò kplakplakpla abe anyigba ene. Sela. Yehowa, netsɔ naɖo tom, nu te nye gbɔgbɔ ŋu, megaɣla wo ŋku me ɖem, ne maɖi amesiwo yi aʋli me la o.
”Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo. Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã. Nye nu negblɔ Yehowa ƒe kafukafu, eye ŋutilãwo katã nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖaa tegbee.
”eya, amesi tsona na amesiwo wote ɖe anyi, eye wònaa abolo dɔwuitɔwo. Ye howa ɖea ga gatɔwo. Yehowa naa ŋkuagbãtɔwo kpɔa nu, Yehowa fɔa amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo. Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eléa tsyɔeviwo kple ahosiwo ɖe asi, eya wòglɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ.
”eya, amesi ɖaa gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye woblaa woƒe abiwo.
”Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o, vɔ̃ Yehowa, eye natsri va; ekema esia ada gbe le wò ƒodo ŋu, eye woana wò ƒuwo me nafa miaa.
”Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.
”Dzi konu nana mo kɔna; ke ne dzi le nu xam la, ekema wɔ na vana le dziɖeƒo ŋu.
”Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.
”Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.
”Ŋutsu ƒe dzidodo tsɔa eƒe fukpekpewo, ke ne wɔna vɔ le dzidodo ŋu la, ameka atsɔ eya?
”Ku kple agbe le aɖe si me, amesi dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.
”Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o. Xɔ na amesiwo wokplɔ yina wuwu ge, eye ɖe amesiwo woyina nu ɖa gee la.
”Ke boŋ mitsɔ aha muame na amesiwo do tsɔtsrɔ̃ ƒe etua nu kple wein na nuxala, ne wòanoe, eye wòaŋlɔ eƒe ahedada be, eye eƒe ŋku nadzo le hiãkame dzi! Ke wò nu de aɖetututɔwo nu kple ɖe dzɔgbevɔ̃etɔwo katã ƒe nye nu!
”Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na lameɖoɖowo katã le dzi ƒoa te. Amedziɣi li, eye kuɣi li; nuɖoɣi li, eye nu dodoawo hoɣi li; amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li; avifaɣi li, eye nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li;
”Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe. Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo. Nuxaxa nyo wu nukoko, elabena ne mo ɖo adã la, esɔnɛ na dzi. Nunyalawo ƒe dzi le kuleƒe, ke bometsilawo ƒe dzi le dzidzɔleƒe.
”Kpɔ dzidzɔ le gbe nyui gbe, eye le dzɔgbevɔ̃egbe la ɖo ŋui be, Mawu ye wɔe abe ekeme ke ene, ne amegbelɔ maganya nusi adzɔ le emegbe o.
”Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli. Teƒe nyuia ɖeke mele eŋu o, tso afɔƒo me vaseɖe dzodome: abi kple dodro kpakple ƒoƒo yeye; womeyɔ tsi le eme o, womeblae o, eye womeɖe ami ɖee wobɔbɔ o.
”Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me.
”Yehowa aƒo Egiptetɔwo, eye wòagahaya wo; elabena ne wòtrɔ ɖe eŋu la, ase woƒe kukuɖeɖe, eye wòahaya wo.
”Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzi-dzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o.
”Anyigba le nu xam, eye wòyrɔ; nu te xexeame ŋu, eye wòlé akpɔ; nu te anyigba dzi dukɔwo ƒe bubumewo ŋu. Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la. Eyata fiƒode le anyigba ɖum, eye edzi nɔlawo akpɔe ɖe enu. Eyata anyigbadzitɔwo afia kolikoli, eye amegbetɔ ʋeea ɖewo kɔe asusɔ.
”Elabena mo sesẽ nènye na ame beliwo, mɔ̃ sesẽ nènye na ame dahewo le woƒe hiã me; sitsoƒe nènye tso dziya nu kple vɔvɔli tso ŋdɔkutsu nu; elabena ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe dziyae le ƒoƒom ɖe gli ŋu ene.
”Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.
”Etsɔ ŋutifafa dzra amesi ƒe susu li ke la ɖo, elabena eɖo dzi ɖe ŋuwò. Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowa, ẽ, Yehowa enye agakpe tegbee.
”Yehowa, ana ŋuti fafa mí, elabena èwɔ míaƒe do wo katã de goe na mí.
”Eyata Yehowa le lalam, be yeave mia nu, eyata wotso, be yeakpɔ nublanui na mi; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe Mawu enye Yehowa. Woayra amesiwo katã kpɔa esinu! Zion-dukɔ, si le Yerusalem, meganɔ avifafa dzi o, elabena ave nuwò vavã le wò aƒadodo ta; ne enya see ko la, atɔ na wò. Aƒetɔ la ana abolo mi le hiã me kple tsi mi le xaxa me, eye miaƒe nufialawo magabe azɔ o, ke boŋ míakpɔ miaƒe nufialawo kple ŋku, eye miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.
”Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me. Migblɔ na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be. Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o! Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si! Hlɔ̃biabia gbɔna, Mawu ƒe teƒeɖoɖo; eya ŋutɔ gbɔna, ne woaxɔ na mi. Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ali kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.
”Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be „mo tata kɔkɔe.“ Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o; woawo ɖeɖeko tɔ wòanye. Amesi ke to edzi la, matra mo o, keke gegemewo ke hã. Dzataa ɖeke manɔ afima o, lã wɔadãa ɖeke manɔ edzi loo, alo woakpɔe le afima o, eye ale amesiwo woɖe la, woato edzi, Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.
”Mifa akɔ, mifa akɔ na nye dukɔ, mía Mawu la gblɔe! Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.
”Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.
”Menyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o. Eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo. Nu tia kɔ na ɖekakpuiwo, eye ɖeɖi tea wo ŋu, eye ŋutsuwo dzea anyi; ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.
”megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.
”Ame dahewo kple hiãtɔwo, siwo le tsi dim, ke ɖeke meli o, eye woƒe aɖe ƒu le tsikɔwuame ta la, nye Yehowa makpe ɖe wo ŋu, nye Israel ƒe Mawu, nyemagblẽ wo ɖi o.
”Azɔ ale Yehowa, amesi wo wò Yakob, eye wòme wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye. Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.
”nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!
”Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.
”kpo ɖa, melólo wò, ke menye abe klosalo ene o, eye medo wò kpo le hiã ƒe aŋoɖakpo me.
”Dɔ kple tsikɔ mawu wo o, eye ŋdɔ kple ɣe maɖu wo o, elabena wo nuvela le wo kplɔm, eye woakplɔ wo ato tsidzidziwo ŋu.
”Mi dziƒowo, mitso aseye, anyigba, kpo dzidzɔ, eye mi towo, mido aƒa; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe hiãtɔwo.
”Kpɔ ɖa, meŋlɔ wò ɖe nye asi ŋu, wò gliwo le ŋkunye me ɖaa.
”Elabena Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe aba ene; vivisese kple dzidzɔ, kafukafuha kple saŋkuƒoƒo anɔ anyi.
”Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo. Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?
”Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo? Edze abe atilɔ fẽ ene le eŋku me, eye abe ke ƒe dzedzè tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme kple ɖekadzedze mele eŋu, ne míaɖe ŋku ɖee o, eye kpɔkpɔme mele eŋu, ne eƒe nu nadzro mí o. Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o. Ke eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòɖe ta miaƒe vevesesewo te; evɔ wònye míawo míebui abe amesi wohe to na, amesi Mawu ƒo, eye wòwɔ funyafunyae ene hafi. Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí. Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi. Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o. Woɖee le xaxa kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye eŋɔlimeviwo dometɔ kae bu eŋuti kpɔ be, woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, eye wowɔ fui le nye dukɔ ƒe dzidadawo ta? Woɖe yɔdo nɛ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome, eye esi wòku la, enɔ vodalawo dome, evɔ wònye mesẽ ŋuta o, eye alakpa menɔ eƒe nu me kpɔ o hafi. Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi. Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te. Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.
”Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi da o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o.
”Dzɔdzɔenyenye woatsɔ ali ke wò; anɔ adzɔge na ŋutasesẽ, elabena mavɔ̃ o, eye anɔ adzɔge na ŋɔdzi, elabena mate ɖe ŋuwò o.
”Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!
”Elabena miaʋu adzo kple dzidzɔ, eye woaɖo mi ɖa le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, eye gbemetiwo katã aƒu akpe.
”Amesiwo ƒe zɔzɔme to mo ɖeka la, wòayi ɖe ŋutifafa me, eye woagbɔ ɖe eme le wo mlɔƒewo.
”Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.
”Mekpɔ eƒe mɔwo, mayɔ dɔe, makplɔe, eye mafa akɔ na eya kple eƒe nuxalawo. Yehowa, amesi wo nuyiwo ƒe kutsetse la, gblɔ be: Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe nɔlawo kple kpuiƒe nɔlawo, eve mayɔ do wo.
”De nutsitsiɖɔ, si melɔ̃na, kple ŋkeke, si dzi amegbetɔ naka hiã eɖokui la, enye esia? Ne wobi ta ɖe anyi abe keti ene, eye womlɔ akpanya kple afi dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke, si adze Yehowa ŋua? Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã, naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.
”Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò hayahaya ado kaba, wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔwò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ahe megbe na wò. Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme, ne ètsɔ wò abolo na dɔwuitɔ, eye nèɖi ƒo na amesi wole ɖe anyi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò tsizi anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene, ekema Yehowa akplɔ wò ɖaa, eye wòaɖi ƒo na wò le kuɖiɖinyigba dzi, aɖe agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii, kple tsidzɔƒe, si ƒe tsiwo memiena o la ene.
”Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe; maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne mafa akɔ na konyifalawo katã; ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.
”Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.
”Elabena kpo ɖa, mawo dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawo la ŋuti, elabena kpo ɖa, mawo Yerusalem hena aseyetsotso, eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ. Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu, eye womagase avifagbe kple konyifagbe le eme azɔ o.
”Alesi ŋutsua ɖe dada fa akɔ ne la, nenema mafa akɔ na mii, eye miaƒe akɔ afa le Yerusalem ŋu.
”Woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame ƒe nu ɖoŋuɖeŋua enye Yehowa! Eyama le abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, eye eƒe aŋgbawo dea ama; ne ku ɖi hã, metsia dzimaɖi o, eye wonɔa tsetse dzi ɖaa.
”Yehowa, yɔ dɔm, ne mahaya, xɔ nam, ne woaɖem, elabena wòe nye nye kafukafu.
”Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mo kpɔm na la mi. Miayɔm, miaɖado gbe ɖa nam, eye maɖo to mi. Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko.
”Yehowa be: Mahaya wò, eye mayɔ dɔ wò ahiãwo; elabena wole yɔwòm be „amenyãdegbea“, Zion, „si ta womebiana sena o.“
”Elabena mafa dzi na luʋɔ, siwo ŋu nu te, eye maɖi ƒo na luʋɔ, siwo nu ti kɔ na. Esia ta menvɔ ɖo, eye mekpɔ be, nye alɔ̃ la vivi nam.
”Kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wo, eye mahaya wo, eye mana ŋutifafa kple nyateƒe wo fũ,
”Ɖo ŋu nye hiã kple nye fukpekpe, atsa kple aɖi. Ɖo ŋui, nagaɖo ŋui ɖe dzi be, nye luʋɔ xa gobaa le menye.
”Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o; ke boŋ ete yeye ŋɖi sia ŋɖi, eye wò amenuveve tri akɔ! Nye luʋɔ be: Nye gome enye Yehowa, eyata mele esinu kpɔm ɖo. Yehowa ƒe ɖɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ si le edim la ŋu. Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.
”ke boŋ ne edo nuxaxa na ame la, egakpɔa nublanui le eƒe amenuveve geɖe la nu. Elabena mewɔa fu ame, eye medoa nuxaxa na amegbetɔviwo le dzidzɔ teƒe o.
”Etsɔ kpuie le gbesigbe meyɔ wo, eye nẽgblɔ be: Megavɔ̃ o! Aƒetɔ, asiwò me nye nya le, eye nèɖe nye agbe
”Dɔwuame heliheli na míaƒe ŋutigbalẽ ʋu dzo hẽ abe kpo ene.
”Manyi wo le lãnyiƒe nyuiwo, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ Israel ƒe to kɔkɔwo ta me; afima woatsyɔ akɔ ɖo le gbeɖuƒe nyuiwo, eye lãnyiƒe damawo anɔ wo si le Israel-towo dzi. Nye ŋutɔ manyi nye alẽwo, eye mana woatsyɔ akɔ anyi ɖi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.
”Tete Nehukadnezar xɔ edzi gblɔ bena: Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòade eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasuhɔ mawu bubua ɖeke alo aɖo gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o.
”Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo, be womewɔ nanekem o, elabena nyemeɖi fɔ le eŋku me o, eye nyemeɖi fɔ le wò fia ŋku me hã o. Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòɖe se be, woaɖe Daniel le do la me. Eye woɖe Daniel le ɖo la me, ke naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu.
”Eɖea ame, eye wòxɔna na ame, ewɔa dzesiwo kple nukunuwo le dziƒo kple anyigba dzi, eyae nye amesi ɖe Daniel tso dzatawo si me.
”Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí. Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la afɔ mí ɖe tsitrenu, ne míanɔ agbe le eŋku me.
”Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!
”Eye ma ɖo ƒe, siwo ʋetsuviwo kple ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi, woawoe nye nye aʋakɔ gã, si medɔ ɖe mia ŋu. Miaɖu nu aɖi ƒo, eye miakafu Yehowa, mia Mawu, amesi wo nukunu ɖe mia ŋu la ƒe ŋkɔ, eye ŋu magakpe nye dukɔ akpɔ gbeɖe o.
”gblɔ bena, Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam; medo ɣli tso tsieƒe ƒe ƒodo me, eye nèse nye gbe.
”Yehowa, wò Mawu la, le dowòme, kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye. Akpɔ dzidzɔ le ŋuwò vevie, azi ɖoɖoe le lɔlɔ̃ me, eye wòakpɔ dzldzɔ atso aseye ɖe ŋuwò!
”Eye dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe; si ƒe aʋalawo me xɔxɔ le la, adze na mi, amesiwo vɔa nye ŋkɔ la, eye miaho adzo anɔ kpo tim abe nyiviwoe ɖo tso lãkpɔ me ene.
”Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu. Ale wowu nya, si wogblɔ ɖe anyi to nyagblɔɖila Yeremya dzi la nu bena: „Wose ɣlidodo le Rama, avifafa kple nublanuiɣli geɖe; Raxel le fafam na viawo, eye mele lɔlɔ̃m bena, woafa akɔ na ye o, elabena womegali o.“
”Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome. Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.
”Woayra amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.
”Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo; elabena nenema ke woti nyagblɔɖila, siwo dze mia ŋgɔ la yomee.
”ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi ɖea mi, miwo nyui na amesiwo léa mi ɖe ke me; mido gbe ɖa ɖe amesiwo ƒoa ɖi mi la ta; eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta,
”Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe? Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo to o mahã? Eye amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atso abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã? Eye nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o; ke mele egblɔm na mi bena: Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. Eye ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi egbe, eye etso kasia woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mí xɔseʋeetɔwo! Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka miano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.
”Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi; elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu, eye amesi dia nu la, ekpɔa nu, eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ.
”Eye kpɔ ɖa, anyidzelaa ɖe va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, ate ŋu ana ŋutinye nakɔ. Tete Yesu do abɔ da, eye wòde asi eŋu gblɔ bena: Meli, ŋutiwò nekɔ! Eye enumake eƒe anyi la kɔ ɖa.
”Eye esi wòva Kapernaum la, aʋafiaa ɖe va egbɔ le kuku ɖem nɛ le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, nye dɔtsɔla mlɔ anyi le aƒe me le lãmetutudɔ lém, eye wòle fu kpem ŋutɔ. Egblɔ nɛ bena: Nye la megbɔna be, mada gbe le eŋu. Eye aʋafia la ɖo eŋu gblɔ bena: Aƒetɔ, medzem be, nava ge ɖe nye xɔ te o; ke gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔtsɔla ƒe lãme asẽ. Elabena nye hã menye amesi le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye; eye ne megblɔ na ame sia be: Yi! eyina; eye ne megblɔ na ame bubu bena: Va! evana; eye ne megblɔ na ye dɔtsɔla bena: Wɔ esia! ewɔnɛ. Ke esi Yesu see la, eƒe mo wo yaa, eye wògblɔ na amesiwo le eyome la bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o. Ke mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo latso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ava, eye woanɔ kplɔ̃ ŋuti akpe ɖe Abraham, Isak kple Yakob ŋuti le dziƒofiaɖuƒe la me; hafi fiaɖuƒe la ƒe viwo la, woatso wo aƒu gbe ɖe viviti, si le egodo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ. Eye Yesu gblɔ na aʋafia la bena: Heyi, eye alesi nèxɔe se la, woawɔ na wò nenema ke! Eye eƒe dɔtsɔla ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.
”Eye esi Yesu va Petro ƒe me la, ekpɔ lɔ̃xoa le anyimlɔƒe, le ŋudza lém. Eye wòde asi eƒe asi ŋuti, tete ŋudza la dzo le edzi; eye wòtsi tre hesubɔe.
”Ke esi fiẽsi ɖo la, wotsɔ ame geɖe, siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le wo me la, va egbɔ; eye wògblɔ nya henyã gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe, eye wòda gbe le amesiwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋuti, bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to Yesaya, nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dɔlélewo ɖo eɖokui dzi.“
”Eye kpɔ ɖa, ya sesẽa ɖe va ƒo ɖe ƒua dzi, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe nua me; ke eya ŋutɔ dɔ alɔ̃. Eye wova egbɔ, nyae gblɔ bena; Aƒetɔ, ɖe mi, miele tsɔtsrɔm! Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.
”Eye esi wòva egodo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi la, ame eve, siwo me gbɔgbɔ vɔwo le, eye adã le mo na wo ŋutɔ, ale bena amea ɖeke metea ŋu toa afimamɔ o la, do go tso yɔdowo me va kpee. Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã? Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le adzɔge le gbe ɖum. Eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Ne ènyã mi do go la, dɔ mí ɖe hawo me. Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi! Eye esi wodo go la, woyi ɖe haawo me; kasia kpɔ ɖa, wo katã wòsi du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye woku ɖe tsiawo me.
”Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò. Eye kpo ɖa, agbalẽfialawo dometɔa ɖewo gblɔ le wo ɖokui me bena: Amesia le busunya gblɔm. Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã? Elabena kae bɔbɔ wu be, woagblɔ: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre, ne nazɔ azɔli mahã? Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi; tete wògblɔ na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ, wò aba dzi, eye nayi aƒewò me! Eye wòtsi tre heyi ɖe eƒe me.
”Esi Yesu see la, egblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, negbe dɔlélawo ko.
”Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ la, to emegbe va te ɖe eŋu, eye wòde asi eƒe awuto ŋu; elabena egblɔ le eɖokui me bena: Ne mede asi eƒe awu la ŋu ko la, mahaya. Ke esi wòtrɔ kpɔe la, egblɔ nɛ bena: Vinyɔnuvi, na wò dzi nadze me! Wò xɔse la ɖe wò. Eye nyɔnu la ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.
”Ke esi Yesu va amegã la ƒe me, eye wòkpɔ dzekulawo kple ameha, siwo le ʋunyaʋunya wɔm la, egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe. Eye esi wonyã ameha la do go la, eyi ɖe eme, eye wòlé eƒe asi, eye nyɔnuvi la to ɖe tsi tre.
”Esi Yesu dzo le afima yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome, le ɣli dom gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mía nublanui! Eye esi wòyi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔwo va egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo bena: Miexɔe se bena, mate ŋu awɔ esia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ. Tete Yesu de asi woƒe ŋkuwo ŋu gblɔ bena: Ava me na mi le miaƒe xɔse la nu. Eye woƒe ŋkuwo ʋu. Eye Yesu gbe nya na wo vevie gblɔ bena: Kpɔ ɖa, migana amea ɖeke nanyae o.
”Eye esi woawo do go la, kpɔ ɖa, wotsɔ aɖetututɔ, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, va egbɔ. Eye esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe la, aɖetututɔ la ƒo nu. Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa, wogblɔ bena: Womekpɔ nusia tɔgbee le Israel kpɔ o.
”Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.
”Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.
”Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.
”Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me. Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔa ɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.
”Amesi ke ɖe eƒe agbe la, eya labui; eye amesi ke bu eƒe agbe le tanye la, eya lakpɔe.
”Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.
”Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena ye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.
”eye kpɔ ɖa, amea ɖe li, eye titi lé asi nɛ. Eye wobiae bena: Ɖe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã? bena woatso enu. Eye wògblɔ na wo bena: Ameka le mia dome, ne alẽ ɖeka le esi, eye alẽ ma dze do me le Sabat dzi la, malée, aɖee o mahã? Azɔ amegbetɔ tɔ mevena wu alẽ tɔ oa? Ale wɔ woɖe mɔ bena, woawɔ nu nyui le Sabat dzi esi. Tete wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye wògaɖɔ ɖo zu blibo abe ekeme ene.
”Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,
”Tete wotsɔ amea ɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔe. Eye wòda gbe le eŋu ale bena, aɖetututɔ la ƒo nu, eye wòkpɔ nu.
”Ke nusi wowu ɖe kpenyigba dzi la, eya nye amesi, ne ese nyaa la, exɔne enumake kple dzidzɔ; ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.
”Eye esi Yesu do go, eye wòkpɔ ame geɖe la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòda gbe le woƒe dɔlélawo ŋu.
”Eye esi afimatɔwo dze sii la, woɖo du ɖe afimanutoawo katã me godoo, eye wotso dɔlélawo katã va egbɔ; eye wova ɖe kuku nɛ bena, yewoade asi teƒe awuto ko ŋuti; eye ame geɖe alesi nu de asi eŋu la, ƒe lãme sẽ.
”Eye kpo ɖa, Kanaan-nyɔnua ɖe ɖo go tso afima nutoawo me, eye wòɖo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me. Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu ne o. Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Do mɔe, ne wòayi; elabena ele ɣli ɖom le mia yome. Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko. Ke nyɔnua va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, xɔ nam! Eye wòɖo eŋu gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o. Ke eya gblɔ bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ dzi. Tete Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva mè na wò, abe alesi nèdi ene. Eye eƒe nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.
”Eye ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi ve, eye wotso wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu. Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.
”Eve esi wova ameha la gbɔ la, amea de va egbɔ, eye wòdze klo nɛ le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, kpɔ nye ŋutsuvi ƒe nublanui! Elabena ele kpeŋui kum, eye wòle fu kpem ŋɔdzitɔe; elabena enuenu la edzea dzo me, eye enuenu la edzea tɔ me. Eye mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔ, eye womete ŋu da gbe le eŋu o. Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii! Eye Yesu wo ɖe eta, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso eme, eye ɖevi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.
”Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.
”Ke ne wò asi alo wò afɔ ɖia nuwò la, lae ɖa, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo alo abɔkpo wu esi aba eve alo afɔ eve anɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me. Eye ne wò ŋku ɖia nuwò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe le ŋutiwò; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka, wui esi ŋku eve nana asiwò, eye woatso wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.
”Nenema ke menye mia Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena, nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.
”Eve kpo ɖa, ŋkuagbãtɔ eve bɔbɔ nɔ mɔ to; esi wose bena, Yesu le wo ŋuti tom yina la, wodo ɣli gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mia nublanui! Eye ameha la blu ɖe wo ta, bena woazi ɖoɖoe. Ke woawo gado ɣli ɖe edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ mia nublanui! Eye Yesu to ɖe tsitre, eye wòyɔ wo ve gblɔ bena: Nuka dim miele, bena mawɔ na mi mahã? Wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, bena miaƒe ŋkuwo naʋu. Eye Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòde asi woƒe ŋkuwo ŋu, eye enumake wokpɔ nu, eye wodze eyome.
”Eye ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le mawuƒe la me, eye wòda gbe le wo ŋu.
”Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me. Eye nusianu, si ke míabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe.
”Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti. Ekema woaɖia ame geɖewo nu, eye woade wo nɔewo asi, eye wòalé fu wo nɔewo. Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo. Eye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi. Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe.
”Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o. Eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.
”Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye.
”Petro gblɔ nɛ bena: Ne anɔ nam bena, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbɔwò akpɔ o. Nenema ke nusiawo katã wogblɔ.
”Eye wotsɔ Petro kple Zebedeo ƒe ŋutsuvi eveawo kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòde asi nuxaxa me kple dzodzo me nyanyanya. Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim. Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.
”Tete wòɖe asi le Baraba ŋu na wo; ke Yesu la, eƒoe kple atam, eye woɖee asi, bena woakpe de ati ŋuti.
”Ke esi woklãe ɖe ati ŋuti megbe la, womã eƒe awuwo me, eye wodzidze nu ɖe wo dzi, bena woawu nya, si nyagblɔɖila gblɔ ɖi la nu bena: „Wòmã nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu ʋlaya dzi.“
”Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani! si gome enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?
”Eye enumake amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, le woƒe ƒuƒoƒe, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu blu ɖe eta bena: Mia wò nu, eye nado go le eme! Eye gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe, eye wòdo go le eme.
”Ke Simon lɔ̃xo le anyimlɔƒe le ŋudza lém, eye enumake la wogblɔ eŋutinya nɛ. Eye esi wòte va la, elé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye ŋudza la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo.
”Ke le fiẽ me, esime ɣe ɖo to la, wotso amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple esiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, va egbɔe. Eye du blibo la katã ƒo ƒu de ʋɔtrua nu. Eye wòda gbe le amesiwo katã le da bubu ƒomeviwo katã lém la ŋu, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do goe, eye mede mo na gbɔgbɔ vɔ̃wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae.
”Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii. Eye anyidzela ɖe va egbe le kuku ɖem nɛ, eye wòdze klo nɛ gblɔ bena: Ne èlɔ̃ ko, ate ŋu aklɔ ŋutinye. Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake la anyi la vo le eŋuti, eye eŋuti ko.
”Eye ame ene tso lãmetututɔa ɖe gbɔna va egbɔ. Eye esi womete ŋu te va egbɔ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ, si me wòle la tame, eye esime woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba, si dzi lãmetututɔ la mlɔ la, ɖe anyi. Eye esi Yesu kpo woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la bena: Vinye, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò. Ke agbalẽfialaa ɖewo bɔbɔ nɔ anyi ɖe afima, eye wole ɖi kem le woƒe dzi me bena: Aleke wo amesia ƒo nu alea? Egblɔ busunya, ameka ate ŋu atso nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko o mahã? Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã? Kae bɔbɔ wu? Be woagblɔ na lãmetututɔ la bena: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre natsɔ wò aba, eye nazɔ azɔli mahã? Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi, — egblɔ na lãmetututɔ la bena: Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre, tso wò aba, ne nayi aƒewò me. Tete wòtsi tre, eye enumake, esi wòtsɔ eƒe aba la, edo go le wo katã ƒe ŋku me nenem bena, kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Miekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.
”Eye esi Yesu see la, egblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiãa gbedala o, negbe dɔlélawo ko; nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.
”Eye wògayi ɖe ƒuƒoƒe, eye amea ɖe le afima, si titi lé asi na. Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu. Eye wògblɔ na amesi titi lé asi na la bena: Tsi tre ɖe titina. Eye wòbia wo bena: Ɖe woɖe mo bena, woawo nu nyui alo woawo nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe ame, alo woawui mahã? Ke woawo zi kpi. Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.
”elabena eda gbe le ame geɖewo ŋuti ale bena, ame geɖe alesinu le veve sem la, te ɖe edzi, bena yewoade asi eŋu. Eye gbɔgbɔ makɔmakɔwo, ne wokpɔe ko la, wodzea klo ɖe ekɔ me, eye woɖoa ɣli gblɔna bena: Wòe nye Mawuvi la.
”Eye wòɖo ame wuieve, bena woanɔ ye ŋuti, eye bena yeadɔ wo aɖo ɖa woaɖaɖe gbe ƒã, eye bena ŋusẽ nanɔ wo si hena gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyà do goe.
”Ke esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la, wonye amesiwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ; eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo.
”Eye ahom sesẽa ɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe ʋu la me, ale bena ʋu la de asi yɔyɔ me. Ke eya ŋutɔ le ʋu gome, Zia suɖi le alɔ̃ dom, eye wonyae gblɔ nɛ bena: Nufiala, ɖe miaƒe tsɔtsrɔ̃ metsɔ gbɔwò nya o mahã? Eye esi wònyɔ la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi. Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wo mievɔ̃ ale? Ɖe xɔse mele mia si o mahã?
”Eye esi wòdo go le ʋu la me la, amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, do go tso yɔdowo me va kpee, amesi ƒe nɔƒe nye yɔdowo me, eye amea ɖeke mete ŋu blane kple kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hã o; elabena enuenu woɖea kunyowu eƒe afɔwo, eye woblanɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, ke etsoa kɔsɔkɔsɔawo, eye wòŋea kunyowuawo, eye amea ɖeke metea ŋu nana eƒe mo fana o. Eye ɖaa zã kple keli wonoa yɔdowo me kple towo dzi henɔa ɣli dom, eye wònɔa kpe xlãm ɖe eɖokui. Eye esi wòkpɔ Yesu le adzɔge ke la, eƒu du va dze klo nɛ; eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o. Elabena egblɔ nɛ bena: Do go tso ame ta me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ! Eye wòbiae bena: Wò ŋkɔ ɖe? Eye wòɖo eŋu nɛ bena: Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe. Eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋutɔ bena, wòaganyã yewo tso afima nutoawo me o. Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le afima le gbe ɖum le to la dzi. Eye wode kuku nɛ gblɔ bena: Dɔ mí ɖe hawo me, ne míayi ɖe wo me. Eye wòna mɔ wo. Eye esi gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go la, woyi ɖe hawo me. Tete hawo katã si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu lãme, wo nu anɔ akpe eve, eye wono tsi ku ɖe ƒu la me.
”Eye nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ, eye wokpe fu geɖe tso gbedala geɖewo gbɔ hegblẽ nusiwo katã le esi, gake mele nyonyom nɛ o, ke boŋ wògado gã ɖe edzi wu la, esi wose Yesu ŋkɔ la, eva dze amehawo le emegbe, eye wòde asi eƒe awu ŋuti; elabena egblɔ bena: Ne mede asi eƒe awu ŋu ko la, nye lãme asẽ. Eye enumake eƒe ʋu la nu tso, eye wose le eƒe lãme bena, yeƒe dɔ la vɔ.
”Esi wogale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va bena: Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu dem na nufiala mahã? Ke esi Yesu se nya, si gblɔm wole la, egblɔ na ƒuƒoƒemegã la bena: Megavɔ̃ o, xɔ se ko. Eye mede mɔ na amea ɖeke be, wòadze eyome o, negbe Petro kple Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko. Eye wòva ƒuƒoƒemegã la ƒe me, eye wòkpɔ amesiwo le ʋunyaʋunya wɔm, eye wole avi fam le ɣli dom sesĩe la, le afima. Eye esi wòge de aƒea me la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ʋunyaʋunya wɔm hele avi fam ale? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle. Eye wokoe. Ke esi wonyã wo katã do goe la, èkplɔ ɖevia fofoa kple dadaa kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, eye wòyi afisi ɖevi la mlɔ. Eye wòlé ɖevi la ƒe alɔnu hegblɔ nɛ bena: Talita kumi, si gɔme enye bena: Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! Eye enumake nyɔnuvi la tsi tre, eye wozɔ azɔli; elabena exɔ ƒe wuieve, eye wolulu ŋutɔ.
”Eye mete ŋu wɔ ŋusẽdɔa ɖeke le afima o, negbe dɔléla ʋeea ɖewo ko ŋu wòda gbe le, le esime wòda asi ɖe wo dzi.
”Eye wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do go, ye wòsi ami na dɔléla geɖewo heda gbe le wo ŋu.
”eye du dzo le afima nutoawo katã me godoo, eye wode asi amesiwo ƒe lãme gblẽ la tsɔtsɔ me ɖe abawo dzi va afisi wose be, ele. Eye afisi wòyina ɖo le kɔƒewo alo duwo me alo agbletawo la, wotsɔa dɔlélawo va dana ɖe ablɔwo me, eye woɖea kuku ne bena, yewoade asi eƒe awuto ɖeɖeko ŋu; eye ame alesi nu de asi eŋu ko la, ƒe lãme sẽna.
”Elabena nyɔnua ɖe, si gbɔgbɔ makɔmakɔ le vianyɔnuvi me la, se eŋkɔ, eye wòva dze klo ɖe eƒe afɔ nu. Ke nyɔnu la nye Helatɔ, si wodzi le Sirofoinike; eye wòɖe kuku nɛ bena, wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la aɖo goe tso vianyɔnuvi la me. Eye wògblɔ nɛ bena; Na ɖeviwo naɖi ƒo gbɔ; elabena menyo bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o. Ke eya xɔ edzi gblɔ ne bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũvi, siwo le kplɔ̃ te la, ɖua ɖeviwo ƒe abolo wuwluiwo tso. Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia ŋuti la heyi; gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso viwònyɔnuvi la me. Eye esi wòdzo va eƒe me la, ekpɔ ɖevi la mlɔ aba dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go.
”Eye wotsɔ amea ɖe, si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòatsɔ eƒe asi ada ɖe edzi. Eye wotsɔ eyama heƒo asae tso ameha la gbɔ, eye wotsɔ eƒe asibidewo ƒo ɖe eƒe to me, eye wòɖe ta ɖo eƒe aɖe nu; eye esi wòle dziƒo kpɔm la, eɖe hũ, eye wògblɔ ne bena. „Hefata“, si gɔme enye: Ʋua! Tete eƒe to la ʋu, eye enumake eƒe aɖeka hã ɖɔ ɖo, eye wòƒo nu nyuie. Eye wòde se na wo bena, woagatoe na amea ɖeke o; ke geɖe alesi wòde se na wòe la, geɖe wu woyi ɖakakae. Eye kuvia ɖo wo ŋutɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.
”Eye wòva Betsaida. Eye wokplɔ ŋkuagbãtɔa ɖe va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe asi eŋu. Eye esi wòlé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu la, ekplɔe do go tso du la me, eye esi wòɖe ta ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae bena: Ele nane kpɔma? Esi wòwu ŋku dzi la, egblɔ bena: Mekpɔ amewo; mekpɔ wo wole abe atiwo ene hele azɔli zɔm. Tete wògatsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe ŋkuwo dzi, eye wòklẽ ŋku sesĩe; eye wòɖɔe do, eye wòkpɔ nusianu nyuie.
”Eye lãme ɖeka tso ameha la dome ɖo eŋu nɛ bena: Nufiala, mekplɔ vinyeŋutsuvi, si me gbɔgbɔ maƒonu le la, va gbɔwò; eye afisi ke wòlée le la, enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, eye woɖua aɖukli, eye wòɖia ku; megblɔ na wò nusrɔ̃lawo bena, woanyãe ado goe, eye womete ŋui o. Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye! Eye wokplɔe va egbɔ; esi wòkpɔe la, enumake gbɔgbɔ la nyamae, eye wòtsyɔ kplo hele dablibɛ ƒom le futukpɔ ɖem. Eye wòbia fofoa bena: Ɣekaɣi nusia va edzi mahã? Eye wòbena: Tso keke eƒe ɖevime kee. Eye enuenu wòtsɔnɛ ƒua dzo me kple to me, bena yeawui; ke ne ate ŋu awɔ nane la, kpɔ miaƒe nublanui, ne naxa na mi. Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu. Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ bena: Mexɔe se, xɔ na nye maxɔse la! Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o! Eye wòdo go kple ɣlidodo hele enyamam ŋutɔ, eye wòzu abe ɖe woku ene; ale bena ame geɖewo gblɔ bena: Eku. Ke Yesu lé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye wòtsi tre.
”Eye ne wò asi ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò bena, nayi ɖe agbe la me kple asikpo, wu esi asi eve nanɔe na wò, eye nayi ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. Ke ne wò afɔ ɖia nu wò la, lae ɖa; enyo na wò be, nayi ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afa eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o. Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme; enyo na wò bena, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu esi ŋku eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me, afisi woƒe nyẽ mekuna le o, eye dzo la hã metsina le o.
”Eye wova Yerixo; eye esi wòdo go tso Yerixo kple eƒe nusiawo kple ameha gã la, Bartimeo, Timeo vi, si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la, bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔ to. Eye esi wose bena, Yesu, Nazaretetɔ lae la, eɖe asi ɣlidodo me le gbɔgblɔm bena: Yesu, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Eye ame geɖewo blu ɖe eta, bena wòazi ɖoɖoe; ke egado ɣli geɖe wu tsãtɔ bena: Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Tete Yesu tɔ ɖe tsitre gblɔ bena: Miyɔe ɖa. Eye esi woyɔ ŋkuagbãtɔ la la, wogblɔ nɛ bena: Na wò dzi nadze eme! Tsi tre, ele yɔwòm. Ke esi wòɖe eƒe awu ƒu gbe la, etso hiã va Yesu gbɔ. Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuka dim nèle be, mawɔ na wòa? Eye ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ bena: Rabuni, bena makpɔ nu. Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, wò xɔse la ɖe wò! Eye enumake la wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le mɔ la dzi.
”Eye Yesu xa dzi gblɔ na wo bena: Mawu dzi xɔse nenɔ mia si! Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne. Eyaŋuti mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si ke ta míado gbe ɖa le, eye míabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi.
”Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Eye ele be, woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã. Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae. Eye nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade via asi, eye ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawui. Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.
”Eye wòƒo nu kple kakaɖedzi wu bena: Ne anɔ nam be, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbewo akpɔ o. Nenema ke wo katã hã wogblɔ.
”Eye wòɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye dzidzi ƒoe, eye wòde asi dzodzo me nyanyanya. Eye wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ! Eve wote yi ŋgɔ ʋee, eye wòdze klo tsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa bena, ne ate ŋu ava me la, ne gaƒoƒo sia nato ye ŋu ayi. Eye wòbena: Aba, Fofo! Etea ŋu wɔa nuwo katã; tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nusi nye ŋutɔ melɔ̃ o, negbe nusi wò nèlɔ̃ ko.
”Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.
”Eye woklãe ɖe ati ŋuti, eye wòmã eƒe awuwo, esi wodzidze nu ɖe wo dzi, bene woakpɔ nusi ke ɖesiaɖe laxɔ. Eye le gaƒoƒo etɔ̃lia dzi woklãe ɖe ati ŋuti.
”Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani? Esi, ne woɖe egɔme la, enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?
”Ke dzesi siawo lakplɔ amesiwo xɔe se la ɖo: Le nye ŋkɔ la me wòanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo. Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.
”Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,
”Eye ŋutsua ɖe le ƒuƒoƒe la, amesi me Abosam ƒe gbɔgbɔ bliba le, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe bena: Ago gbɔ, nya kae le mía kpli wò dome, wò Yesu, Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ gea? Menya wò amesi nènye: Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o. Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go.
”Ke esi wòtsi tre la, edo go le ƒuƒoƒe la heyi ɖe Simon ƒe me. Eye Simon lɔ̃xo le ŋudza sesẽa ɖe lém, eye woɖe kuku nɛ ɖe eta. Eye esi wòtsi tre bi ɖe edzi la, ewo ɖe ŋudza la ta, eye wòdzo le edzi; ke etsi tre enumake, eye wòsubɔ wo.
”Eye esime ɣe le to ɖom la, amesiwo katã si dɔléla bubu ƒomeviwo le la, wotsɔ wo va egbɔ, eye wòda asiwo ɖe wo dome ɖesiaɖe dzi ɖekaɖeka heda gbe wo ŋu.
”Eye wòva ve me bena, esime wòle duawo dometɔ ɖeka me la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe li, si ŋu yɔ fũ kple anyi, ke esi wòkpɔ Yesu la, edze klo tsyɔ mo anyi, eye wòɖe kuku nɛ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye. Eye wòdo abɔ da hede asi eŋu gblɔ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake anyi la vɔ nɛ.
”Ke geɖe wu nya la de dzi le eŋuti, eye ameha geɖewo va ƒo ƒu be, yewoase nya, eye be wòada gbe yewo ŋu le yewoƒe dɔlélewo me.
”Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu. Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖewo tsɔ amea ɖe, si nye lãmetututɔ la, ɖe aba dzi ve, eye wodi alesi woawɔ atsɔe ayi ɖe eme, eye be woatsɔe aɖo eƒe ŋku me. Eye esi womekpɔ alesi woawɔ atsɔe vɛ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖe xɔta, eye woɖiɖii ɖe anyi to mɔ, si woɖe la me kple eƒe aba la ɖe titina ɖe Yesu ŋku me. Eye esi wòkpɔ woƒe xɔse la, egblɔ bena: Ame, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò! Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa? Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ: wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre, eye nazɔ azɔli mahã? Ke ne mianyɛ bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi, — egblɔ na lãmetututɔ la bena: Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre, eye nakɔ wò aba dzi, eye nayi aƒewò me. Eye enumake wòtsi tre le woƒe ŋku me, eye esi wòkɔ nusi dzi wòmlɔ la, edzo yi eƒe me hele Mawu kafum.
”Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiãa gbedala o, negbe dɔlélawo ko. Nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko hena dzimetɔtrɔ.
”Eye wòva ve me le Sabat bubu dzi bena, eyi ɖe ƒuƒoƒe la, be yeafia nu; eye amea ɖe le afima, si titi lé nuɖusi na. Ke agbalẽfialawo kple farisitɔwo le ŋudzɔ nɛ be, ɖewohĩ ada gbe le eŋu le Sabat dzi, bena yewoakpɔ nya atso enu. Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mabia mi: Ɖe woɖe mɔ be, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe agbe alo woatsrɔ̃e mahã? Eye wòkpɔ wo katã godoo hegblɔ nɛ bena: Mlo wò asi! Eye wòwɔe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.
”Eye esi wòɖi kpli wo la, etsi tre ɖe gbadzaƒea ɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gãa ɖe kple amewo ƒe ha gãa ɖe, si tso Yudea katã kple Yerusalem kple Tiro kpakple Sidon-ƒuta la, va be woaɖo toe, eye be woada gbe le yewo ŋu le woƒe dowo me; eye wòda gbe le amesiwo gbɔgbɔ blibawo le fu ɖem na la ŋu. Eye ameha la katã ɖi be, yewoado asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu.
”Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu. Woayra mi, ne amewo alé fu mi, eye woaɖe mi le woƒe ha me, eye woadzu mi, eye woatso miaƒe ŋkɔ aƒu gbe abe vɔ̃ ene le Amegbetɔvi la ta. Dzi nadza mi le ŋkeke ma me, eye midzo kpo, elabena kpɔ ɖa, miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema ke wo fofowo wo nya gblɔɖilawoe.
”Eye aʋafiaa ɖe ƒe dɔla, si nye ame vevi nɛ la, le dɔ lém ɖo kudo nu. Eye esi wose Yesu ŋkɔ la, edɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, wòava ɖe eƒe dɔla. Eye woawo la, esi wova Yesu gbɔ la, woɖe kuku nɛ vevie gblɔ bena: Edzee be, nawɔ esia nɛ; elabena elɔ̃ miaƒe dukɔ la, eye eya kee tu miaƒe ƒuƒoƒe la na mi. Eye Yesu yi kpli wo. Ke esi eya, kple aƒe la dome megadidi o la, aʋafia la dɔ eƒe xɔlɔ̃wo ɖe egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, megaɖe fu na ɖokuiwò o; elabena medzem bena, nava nye xɔ te o; eyaŋuti nyemebu ɖokuinye hã bena, edzem be, mava gbɔwò o, ke boŋ gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla ƒe lãme asẽ. Elabena nye hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na amesia be: Yi, eye wòyina, eye na ame bubu be: Va, eye wòvana, eye na nye dɔla be: Wɔ esia, eye wòwɔna. Eye esi Yesu se esiawo la, eƒe mo wɔ yaa le eŋuti, eye esi wòtrɔ la, egblɔ na ameha, si dze eyome la bena: Mele egblɔm na mi bena: Le Israel gɔ̃ hã la nyemekpɔ xɔse sia tɔgbe kpɔ o. Eye esi ame dɔdɔwo trɔ yi aƒe la, wokpɔ dɔla la bena, eƒe lãme sẽ.
”Ke esi wògogo du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kukua ɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti. Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o! Eye esi wote va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ɖekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa.
”Eye le gaƒoƒo ma dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo kpɔ nu. Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.
”kple nyɔnua ɖewo, amesiwo wòɖe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple dɔlélewo me: Maria, si woyɔna be Magdalene, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le
”Eye esi woɖe ʋua la, edɔ alɔ̃, eye ahom tu le ta la dzi, eye woƒe ʋu la yɔ, eye woɖo xaxa me. Ke wova egbɔ, eye wonyae gblɔ bena: Amegã, amegã, miele tsɔtsrɔ̃m! Eye wòfɔ blu ɖe ya kple ƒutsotsoeawo ta, eye wodzudzɔ, eye ɖoɖoe zi kpoo. Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe.
”Eye wòɖo Gadaratɔwo ƒe anyigba, si le Galilea kasa la dzi. Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee. Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o. Elabena ede se na gbɔgbɔ bliba la be, wòado go tso ame la me Elabena enyamanɛ enuenu, eye esi wole eŋu dzɔm la, wobiae kple kɔsɔkɔsɔ, eye wode kunyowu eƒe afɔwo, eye wòŋe gãwo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyae ɖe gbe. Eye Yesu biae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eye wògblɔ bena: Legio, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi ɖe eme. Eye woɖe kuku nɛ bena, megade se na yewo be, yewoayi ɖe do globo la me o. Eye aƒeha geɖewo le afima le gbe: ɖum le to la dzi, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe mɔ na yewo be, yewoayi ɖe woawo me. Eye wòɖe mɔ na wo. Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku.
”Eye nyɔnua ɖe, si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, amesi gblẽ eƒe agbemenuwo katã na gbedalawo, eye ɖeke mete ŋu da gbe eŋu o la, va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòde asi eƒe awu to ŋu; eye enumake eƒe ʋusisi la nu tso.
”Esi wogale nuƒoƒo dzi la, amea ɖe tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va gblɔ bena: Wò nyɔnuvi la ku, megaɖe fu na nufiala o! Eye esi Yesu see la, exɔ dzi ne bena: Megavɔ̃ o, xɔe se ko, eye wòaɖee! Eye esi wòva aƒea me la, meɖe mɔ na amea ɖeke be, wòava me kplii o, negbe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpakple ɖevi la fofo kple dada ko. Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle. Eye wokoe, esi wonyã bena, eku. Eye esi wonyã wo katã do go la, elé eƒe alɔnu, eye wòyɔe gblɔ bena: Ɖevi, tsi tre! Eye eƒe gbɔgbɔ la gagbugbɔ, eye wòtsi tre enumake, eye wòɖo bena, woana wòaɖu nu.
”Eye wòyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ kple mɔ wo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã dzi, eye be, woaɖe dɔlélewo ɖa. Eye wòdɔ wo ɖa be, woaɖe gbe ƒã mawufiaɖuƒe la, eye be woada gbe dɔlélawo ŋu.
”Eye esi wodzo la, woyi ɖato kɔƒeawo me hele nyanyuie la gblɔm fia, eye wole gbe dam le amewo ŋu le afisiafi.
”Ke esi amehawo dze sii la, wodze eyome, eye wòxɔ wo, eye wòƒo nu na wo le mawufiaɖuƒe ŋuti, eye amesiwo hiã gbedala la, eda gbe le wo ŋu.
”Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso ameha la me do ɣli bena: Nufiala, meɖe kuku na wò be, nakpɔ vinyeŋutsuvi ɖa, elabena nye tenu wònye; eye kpɔ ɖa, gbɔgbɔa ɖe lénɛ, eye kasia wòdoa ɣli, eye wònyamanɛ ale bena, futukpɔ dona le enu, eye bebli hafi wòdzona le edzi, eye wògbãa lãme nɛ bliblibli. Eye meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be, woanyãe do goe, eye womete ŋui o. Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi. Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.
”eye mida gbe le dɔléla, siwo le eme la ŋu, eye migblɔ na wo bena: Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!
”Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o.
”Eye Yesu xɔ dzi gblɔ bena: Amea ɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖaɖze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi woɖe abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi woku afã kple afã. Ke eva ve me bena, mawununɔlaa ɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Nenema ke Lewitɔa ɖe hã, esi wòva ɖo teƒe la, eye wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Ke Samariatɔa ɖe le mɔ zɔm va ɖo afisi wòle, eye esi wòkpɔe la, eƒe dome trɔ ɖe eŋu; eye esi wòva egbɔ la, etsɔ ami kple wein hekɔ ɖe eƒe abiawo me, eye wòbia wo, eye esi wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe lã dzi la, ekplɔe yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi.
”Eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃ maƒo nu nyãm. Eye wòva ve me, esi gbɔgbɔ vɔ̃ la do go la, ame maƒonu la ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.
”Alo womedzraa atsutsre atɔ̃ xɔa hotakpo oa? Eye womeŋlɔ wo dometɔa ɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã hã. Migavɔ̃ o; mia tɔ vena wua atsutsre geɖewo tɔ.
”Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi míado o. Agbe la wu nunyiame, eye ŋutilã wu nutata. Mibu akpaviãwo ŋu bena, womeƒãa nu, alo ŋea nu o, eye nudzraɖo ƒe alo ava mele wo si o, ke Mawu nyia wo; miawo la mia tɔ vena wua xewo tɔ. Eye ameka le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã? Azɔ, esi miate ŋu le nu suetɔ wɔm o la, nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le nu mamleawo ŋuti mahã? Mibu dzogbenyãwo ŋu, alesi wowɔnae: Wometrea ɖeti, alo lɔ̃a avɔ o: ke mele egblɔm na mi bena: Salomo gɔ̃ hã le eƒe ŋutikɔkɔe katã me meɖo atsyɔ̃ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. Ke ne Mawu ɖo atsyɔ̃ alea na gbe, si le gbedzi egbe, eye etsɔ woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, geɖe wu wòawɔe na miawo, mi xɔseʋeetɔwo! Eye miawo la, migadi nusi miaɖu alo nusi miano o, eye miaƒe tamesusu naganyama mi o. Elabena nusiawo katã yome xexeame dukɔwo dina; ke mia Fofo nya bena, nusiawo hiã mi. Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.
”Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o. Elabena afisi miaƒe nu nyui le la, afima miaƒe dzi hã lanɔ.
”Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si me dɔléamegbɔgbɔa de le ƒe wuienyi, eye wòxa godã, eye metea ŋu koa eɖokui de dzi kulẽ o la, le afima. Eye esi Yesu kpoe la, eyae va egbe, eye wògblɔ ne bena: Nyɔnu, wotu wò tso wò dɔléle la me! Tete wòtsɔ eƒe asiwò do edzi, eye wòdzo enumake, eye wòkafu Mawu.
”Ke Abraham ƒe vinyɔnu sia, si Satana bla, kpɔ ɖa, ƒe wuienyi sɔŋ la, ɖe medze be, woatui le babla sia me le Sabat ŋkeke dzi o mahã?
”Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ na abei sia bena: Kpɔ ɖa, mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm, eye mele gbe dam amewo ŋu egbe kple etsɔ, eye ŋkeke etɔ̃lia dzi la mawu enu.
”Eye kpɔ ɖa, ame tetea ɖe le eƒe ŋku me. Eye Yesu xa dzi gblo na sefialawo kple farisitɔwo bena: Woɖe mo be, woada gbe le Sabat dzi loo, alo womeɖe mɔ o mahã? Ke woawo la wozi kpi. Eye esi wòde asi eŋu la, eda gbe le eŋu, eye wòdo mɔe.
”Ke boŋ, ne èɖo kplɔ la, yɔ ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo,
”Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me; ke ame dahea ɖe, si ŋkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ; eye wòle ɖiɖim be, yeaɖu nusiwo le dudum le kesinɔtɔ la ƒe kplɔ̃ dzi la, aɖi ƒo; ke avũwo hã va, eye woɖuɖɔ eƒe abiwo mo nɛ. Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii. Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu. Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena woatsɔ eƒe asibidenu ata tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me. Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem. Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gãa ɖe le mia kple miawo dome, ale bena, ne amewo le didim be, woatso afii ayi mia gbɔ la, womate ŋui o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mia gbɔ o. Eye wògblɔ bena: Ekema meɖe kuku na wò, fofo bena, nadɔe ɖe fofonye ƒe me; elabena nɔvi atɔ̃ le asinye, bena wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã nagava fukpeƒe sia o. Ke Abraham gblo bena: Mose kple nyagblɔɖilawo le wo si: woaɖo to woamawo! Eye wògbɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne amea ɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, wòatrɔ le woƒe dziwo me. Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.
”Eye esi wòyi ɖe kɔƒea ɖe me la, ŋutsu ewo, siwo nye anyidzelawo la, va kpee, eye wotsi tre ɖe adzɔge; eye wokɔ woƒe gbewo dzi gblɔ bena: Yesu, amegã, kpɔ mia nublanui! Eye esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo bena: Miheyi ɖatsɔ mia dokui tia nunɔlawo. Eye wòva ve me, esi woyina la, wo ŋuti kɔ. Ke wo dometɔ ɖeka, esi wòkpɔ bena, woda gbe le ye ŋu la, egbugbɔ le Mawu kafum kple gbe sesẽ,
”Amesi ke le didim be, yeaɖe yeƒe agbe la, abui, eye amesi ke labui la, agaxɔe agbagbee.
”Eye wòva ve me, esi wògogo Yerixo la bena, ŋkuagbãtɔa ɖe bɔbɔ nɔ mɔ to le nu biam; ke esi wòse bena, ameha le eŋuti tom yina la, ebia be: Nukae nye esia? Eye woto nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae le eŋuti tom. Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Yesu, Dawid vi la, kpɔ nye nublanui! Eye amesiwo dze ŋgɔ la, blu ɖe eta bena, wòazi ɖoɖoe: ke eya do ɣli wu tsãtɔ bena: Dawid vi lee, kpɔ nye nublanui! Eye Yesu tɔ ɖe tsitre, eye wòde se be, woakplɔe ava ye gbɔe: eye esi wòte va egbɔ la, ebiae bena: Nuka dim nèle, be mawɔ na wò mahã? Eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, bena makpe nu! Eye Yesu gblo nɛ bena: Kpɔ nu, wò xɔse la ɖe wò. Eye enumake wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le Mawu kafum, eye dukɔ la katã, esi wokpɔe la, wotsɔ kafukafu na Mawu.
”Elabena Amegbetɔvi la va, be yeaɖi, eye yeaɖe amesiwo bu la.
”elabena womagate ŋu aku o; elabena woɖi mawudɔlawo, eye wonye Mawu kple tsitretsitsi la ƒe viwo.
”Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti. Esia ava mia dzi hena ɖaseɖiɖi. Azɔ la miɖo le miaƒe dzi me be, miagasusu gbã alesi miaɖe mia ɖokui nu o; elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o. Gake dzilawo kple nɔviŋutsuwo kple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ade mi asi, eye woawu mia dometɔa ɖewo. Eye amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti. Eye miaƒe taɖa ɖeka mele tsɔtsrɔ̃ ge o.
”Ke miawo la mieɖo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me;
”Ke Aƒetɔ la gblɔ bena: Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le mia dim, bena yeagbɔ mi, abe alesi wogbɔa lu ene; ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo! Eye wògblɔ ne bena: Aƒetɔ, mesu te be, mia kpli wò míayi gaxɔ me kple ku me.
”Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.
”Eye esi wova teƒe, si woyona be ametakoliƒe la, woklãe ɖe ati ŋuti le afima kple vɔ̃wɔlawo, ɖeka le nuɖusi me, eye ɖeka le mia me. Eye Yesu gblɔ bena: Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o. Eye esi wòmã eƒe awuwo me la, wodzidze nu ɖe wo dzi.
”Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Egbea ke nana Paradiso la me kplim.
”Eye esi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe la, egblɔ bena: Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de; ke esi wògblɔ esia la, etsɔ gbɔgbɔ la na.
”Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
”Ale wògava Kana le Galilea, afisi wòtrɔ tsi wòzu wein le. Ke fiaŋutimea ɖe li, amesi ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum. Esi wose bena, Yesu tso Yudea va Galilea la, eyi egbɔ, eye wòɖe kuku bena, neva, eye woada gbe le ye vi ŋu; elabena eɖo kudo nu. Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Ne menye dzesiwo kple nukunuwo miekpɔ o la, miexɔnɛ sena o. Fiaŋutime la gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, va, hafi vinye la naku! Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, viwò le agbe. Eye ame la xɔ nya, si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòyi. Ke esi wòyina la, eƒe dɔlawo va kpee, eye woka eta nɛ bena: Viwò la tsi agbe. Tete wòbia gaƒoƒo, si dzi wòka ɖe eme nɛ la wo tsitotsito. Eye wogblɔ nɛ bena: Etsɔ le gaƒoƒo adrelia dzi ŋudza la dzo le edzi. Tete fofoa dze sii bena, enye gaƒoƒo ma, si dzi Yesu gblɔ ne bena: Viwò la le agbe, eye eya ŋutɔ xɔe se kple eƒeme blibo katã.
”Akpata siawo me dɔlélawo ƒe ha: Ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, titilélawo mlɔna henɔa tsi la ƒe bublu lalam. — Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. — Ke amea ɖe, si le ɖɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la, le afima. Esi Yesu kpɔ eyama le anyimlɔƒe, eye wonyae bena, enɔ anyi alea eteƒe didi la, egblɔ nɛ bena: Ele didim bena, wò lãme nasẽ mahã? Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ bena: Aƒetɔ, amea ɖeke mele asinye, bena ne woblu tsia la, wòakɔm ada ɖe ta la me o, ke ne megbɔna la, kasia ame bubu trea emedzedze nam. Yesu gblɔ nɛ bena: Tsi tre, naka wò aba dzi, eye nazɔ azɔli! Eye ame la ƒe lãme sẽ enumake, eye wòkɔ eƒe aba dzi hezɔ azɔli. Ke ŋkeke ma enye Sabat.
”Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.
”Eye ameha gãa ɖe dze eyome, elabena wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ na dɔlélawo.
”Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye agbebolo la, amesi vaa gbɔnye la, dɔ mele ewu ge akpɔ o; eye amesi le dzinye xɔm le sesem la, tsikɔ mele ewu ge akpɔ o. Gake megblɔe na mi bena, miekpɔm, eye miexɔm se o. Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.
”Azɔ Yesu gaƒo nu na wo gblɔ bena: Nyee nye xexeame ƒe kekeli la; amesi ke dzea yonyeme la, mele viviti la me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe la ƒe kekeli anɔ esi.
”Eye esi wòle eme tsom yina la, ekpɔ amea ɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke. Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae bena: Rabi, ameka wo nuvɔ̃, amesia loo, alo eƒe dzilawo bena, wodzii ŋkugbagbãe mahã? Yesu do ŋu bena: Menye amesia alo eƒe dzilawoe wo nuvɔ̃ o, ke boŋ bena woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia le eyama me. Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. Esi mele xexeame la, xexeame ƒe kekeli menye. Esi wògblɔ esiawo la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wotsɔ ta la henyã anyi, eye wòtsɔ anyi la hesisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Yi, nale tsi le Siloa-ta la me (si gɔme enye wodɔe ɖa). Tete wòyi ɖale tsi la, eye wòva le nu kpɔm.
”Tso xexemedzɔgbe taa la womese kpɔ bena, amea ɖe ʋu ŋkuwo na amesi wodzi ŋkugbagbã o.
”Fiafi la mevana o, ne menye le fififi kple wuwu kpakple gbegblẽ ta o. Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ.
”eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o. Fofonye, si tsɔ wo nam la, eya ƒo nuwo katã ta, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ wo sesẽ le Fofonye si me o.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe; eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Ele esia xɔm le sesema?
”Azɔ esi Maria va afisi Yesu le, eye wokpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o. Eye esi Yesu kpɔe wòle avi fam, eye Yudatɔ, siwo va kplii hã le avi fam la, edo dɔmedzoe le gbɔgbɔ la me, eye eƒe dzi ʋuʋu, eye wòbenã: Afika mietsɔe yi damlɔ mahã? Wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, va kpɔe. Yesu fa avi. Tete Yudatɔwo gblɔ bena: Mikpɔ alesi wòlɔ̃nɛ ɖa!
”Yesu gblɔ bena: Mikɔ kpe la da! Amesi ku la ƒe nɔvinyɔnu Marta gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ. Yesu gblɔ nɛ bena: Ɖe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, èkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã? Tete wokɔ kpe la da. Ke Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòbena: Fofo, meda akpe na wò bena, èdoa tom. Nye la menyae bena, edoa tom ɖaasi; ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòedɔm ɖa. Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go! Eye eme kuku, si ƒe afɔwo kple asiwò le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye laku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.
”Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o; mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se. Fofonye ƒe me la nɔƒe geɖewo li; ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi; elabena meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.
”Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me. Ne míabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la màwɔe.
”Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!
”Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi. Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo.
”Esiawo megblɔ na mi, bena nye dzidzɔ la nanɔ mia me, eye miaƒe dzidzɔ la nayɔ tu.
”Azɔ miawo hã miele nu xam fifia; ke magakpɔ mi, eye miaƒe dzi lakpɔ dzidzɔ, eye miaƒe dzidzɔ la, amea ɖeke maxɔe le mia si o. Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi. Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.
”Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.
”Tete Pilato tso Yesu na woƒo kple atam.
”Tete wòdee asi na wo, bena woaklãe ɖe ati ŋuti. Eye wòlé Yesu, eye wokplɔe yii, eye wòdo go hele eya ŋutɔ ƒe atitsoga la tsɔm yina ɖe teƒe, si woyɔna be ametakoliƒe, eye woyɔnɛ le Hebri-gbe me be Golgata; afisi woklãe ɖe ati ŋu le, eye ame bubu eve hã kpe ɖe eŋuti, le eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu le titina.
”Eye esi Yesu xɔ aha tsitsia la, egblɔ bena: Wowu nu vɔ! Eye wòde ta anyi, eye wòtsɔ gbɔgbɔ la na.
”Eye ŋɔŋlɔ bubu gagblɔ bena: „Woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi!“
”Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.“
”Esia ta nye dzi kpɔ dzidzɔ, eye nye aɖe tso aseye; ẽ, nye ŋutilã hã adzudzɔ le nukpɔkpɔ me. Elabena magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be, wò mawumeme la nakpɔ nyunyɔ o. Wòe na menya agbemɔwo, wòe yɔm taŋ kple dzidzɔ le ŋkuwò me.“
”Ke Petro gblɔ bena: Klosalo kple sika mele asinye o; gake nusi le asinye la, eya mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me tsi tre, eye nazɔ azɔli! Eye esi wòlé eƒe nuɖusi la, ekɔe ɖe dzi, eye enumake ŋusẽ ɖo eƒe afɔwo kple afɔkɔewo me. Eye woti kpo hele tsitre nu, eye wozɔ azɔli; eye wòyi ɖe mawuxɔa me kpli wo le tsatsam hele du ƒum, eye wòle Mawu kafum. Eye dukɔ blibo la katã kpɔe wòle azɔli zɔm, eye wòle Mawu kafum.
”nenem bena wotsɔ dɔlélawo hã do go va ablɔ me, eye wotsɔ wo mlɔ abawo kple abatiwo dzi, bena ne Petro gbɔna la, eƒe vɔvɔli ɖeɖeko nadze wo dometɔa ɖe dzi. Eye amehawo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem la hã me ƒo ƒu. Eye wotsɔ dɔlélawo kple amesiwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.
”Ke nunɔlagã la tsi tre kple amesiwo le eŋu la, siwo nye zadukitɔwo ƒe kɔmamã, eye woyɔ fũ kple ŋuʋaʋã. Eye woɖo asi apostoloawo dzi, eye wode wo dua me gaxɔ me. Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.
”Ke woawo la wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woaɖo ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.
”Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me. Ke amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia.
”Eye amehawo ɖo to nusi Filipo gblɔ la kple tame ɖeka, esi wosee, eye wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ. Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu. Eye wòzu dzidzɔ gãa ɖe le ɖu ma me.
”Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.
”Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe. Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta. Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm. Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu. Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye nado wò atokotawo! Eye wòwɔ nenema. Eye wògblɔ ne bena: Do wò awu ʋlaya la, eye nadze yonyeme. Eye wòdo go dze eyome, eye menyae bena, nusi va me to mawudɔla dzi la, ele me vavã o, ke ebu xa bena, ŋutega yekpɔ. Ke esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu yi la, wova gagbo, si dze ŋgɔ dua la nu, eye eya ŋutɔ ʋu eɖokui na wo; eye esi wodo go la, woto ablɔ ɖeka me, eye kasia mawudɔla la dzo le egbɔ.
”hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.
”Eye ameha la tsi tre ɖe wo ŋu, eye dua me dziɖulawo dze woƒe awuwo le wo ŋu, eye wode se bena, woaƒo wo kple ati. Esi woƒo wo kakaka la, wode wo gaxo me, eye wode se na gaxɔdzikpɔla be, woadzra wo ɖo dedie.
”Eya la, esi wòxɔ se sia la, etso wo ɖe gaxɔ titinatɔ me, ke, eye wòbɔ pã woƒe afɔwo. Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo. Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu. Tete gaxɔdzikpɔla ɖi vo tso alɔ me; eye esi wòkpɔ bena, gaxɔla ƒe ʋɔtruawo le nuvo la, edi yi, be yeawu ye ɖokui. Ke Paulo do ɣli kple gbe sesẽ gblɔ bena: Megawɔ vɔ̃a ɖeke ɖokuiwò o, elabena mí katã miele afi! Tete wòbia akaɖi, eye wòƒu du yi ɖe eme, eye wòle dzodzom nyanyanya hedze Paulo kple Sila ƒe afɔ nu Eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Aƒetɔwo, nukae le nam be mawɔ, bena makpɔ ɖeɖe mahã?
”Eye Mawu wo ŋusẽdɔ, siwo mele sue o la, to Paulo ƒe asi dzi, ale bena wotsoa takuwo kple akɔtawuiwo hã doa eŋu hedana ɖe dɔlélawo dzi, eye dɔawo vɔna, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.
”hele Aƒetɔ la subɔm kple tamebɔbɔɖeanyi katã kple aɖatsiwo kple tetekpɔ, siwo va dzinye le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me;
”Eye azɔ, kpɔ ɖa, mele babla le gbɔgbɔa me heyina Yerusalem, eye nyemenya nusiwo le dzinye va ge le afima o; negbe bena Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase nam le du sia du me gblɔ bena, bablawo kple momenuvevewo le lalayem. Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.
”Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“
”Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta. Eye esi mekɔ be, woaƒoe ɖe ye nu o la, miezi ɖoɖoe hegblɔ bena: Woawɔ Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.
”Eye wòva me bena, Publio fofo mlɔ anyi le ŋudza lém, eye wòle sisi ɖem, eye Paulo yi ɖe egbɔ, eye wòdo gbe ɖa hetsɔ eƒe asi ɖa ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe. Azɔ esi esia va me la, ame mamlɛ, siwo le dɔwo lém le ƒukpoa dzi la, hã va egbɔ, eye wòyɔ dɔ wo,
”Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míeƒoa adegbe le xaxawo me hã, esi mienyae bena, xaxa dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ; ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o, elabena wotrɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la kɔ ɖe míaƒe dziwo me to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si wona mí la dzi.
”Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me. Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la. Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.
”Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;
”Alo ɖe mienyɛ bena, mí amesiwo katã wode mawutsi ta na ɖe Kristo Yesu me la, ɖe eƒe ku mee wode mawutsi ta na mí ɖo o mahã? Eyaŋuti esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakple bene abe alesi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke miawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me. Elabena ne míezu ɖeka kplii hena sɔsɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me; esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o. Elabena amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me.
”Ke ne mia kple Kristo mieku la, miexɔe se bena, mia kplii mianɔ agbe hã; elabena mienyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpa o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o. Elabena esi wòku la, eku na nuvɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me. Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o. Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ?
”Ekema kutsetse kae no mia si le ɣemaɣi mahã? Kutsetse, siwo kpea ŋu na mi azɔ; elabena nu kemawo ƒe nuwuwu enye ku. Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ.
”Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.
”O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?
”Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si. Elabena nusi se la mete ŋu wo o, esime wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe, eye wòdo ye ŋutɔ Via ɖo ɖa le nuvɔ̃ŋutilã ƒe sɔsɔ me, eye le nuvɔ̃ ŋuti wodoe ɖa ɖo, eye wobu to nuvɔ̃ la le ŋutilã me, bene woawu sea ƒe dzɔdzɔenyenye la nu le mí, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu ko la me. Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina. Elabena ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa; eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o. Ke amesiwo noa anyi le ŋutilã me la, womate ŋu adze Mawu ŋu o.
”Ke miawo la mienɔa anyi le ŋutilã me o, negbe le Gbɔgbɔ me, ne ele nenema bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔa mia me la. Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o. Ke ne Kristo le mia me la, ekema ŋutilã la ku le nuvɔ̃ ta, gake gbɔgbɔ la enye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti. Ke ne amesi fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe Gbɔgbɔ nɔ mia me la, ekema amesi fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, agbɔ agbe miaƒe ŋutilã, siwo le kuku ge la, hã le eƒe Gbɔgbɔ, si no mia me la ŋuti.
”Eyata azɔ nɔviwò, fenyilawo míenye, menye ŋutilã si mienyi fe le, bene míanɔ agbe le ŋutilã nu o; elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe. Elabena ame alesi nu Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la mawuviwo wonye. Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo! Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii.
”Elabena mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mia ŋuti la o. Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋuta ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena mienyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi. Gake menye eya ɖeɖekoe o, hafi miawo hãe, mi amesiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, miawo hã miele ŋeŋem le mía me hele vinyenye, si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖe la lalam. Elabena woxɔ mí ɖe mɔkpɔkpɔ ŋu; ke mɔkpɔkpɔ, si kpɔa nu kple ŋku la, menye mɔkpɔkpɔ wònye o; elabena nusi ame kpɔna kple ŋku la, nukaŋuti wògale mo kpɔm nɛ mahã? Ke ne míele mɔ kpɔm na nusi míekpɔna kple ŋku o la, míele elalam le dzidodo me.
”Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ. Ke amesi dzroa dziwo me kpena la, enya nusi nye Gbɔgbɔ la ƒe didi, elabena exɔa nya ɖe ame kɔkɔewo nu, alesi dzea Mawu ŋu.
”Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu. Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome. Ke amesiwo wòɖo ɖi la, woawo ke hã wòyɔ; ke amesiwo wòyɔ la, woawo ke hã wòtso afia na; ke amesiwo wòtso afia na la, woawo ke hã ŋuti wòkɔ.
”Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii? Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mi katã mia ta boŋ; aleke lawɔ, eye matso nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa? Amekae atso Mawu ƒe ame tiatiawo nu mahã? Mawue nye afiatsola; amekae abu fɔ? Kristo ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xa mí ɖe akɔ hã.
”Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ŋutiwò la wowua mí ʋuu le ŋkeke bliboa katã me, wobua mí abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.“
”Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti. Elabena menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubua ɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.
”Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele aʋatso kam o, esi nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ kɔkɔe me bena, mele nu xam geɖe, eye nye dzi le veve sem ɖaasi. Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;
”abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“
”Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“ Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la. Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.
”Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.
”Dzi nedzo mi le mɔkpɔkpɔ me, mido dzi le xaxa me, minɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi! Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi! Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o! Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!
”Elabena ne míele agbe la, miele agbe na Aƒetɔ la, eye ne mieku la, mieku na Aƒetɔ la. Azɔ nenye míele agbe alo mieku la. Aƒetɔ la tɔ míenye. Elabena esia ŋuti Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, bene wòaɖu Aƒetɔ ɖe ame kukuwo kple ame gbagbewo siaa dzi.
”Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.
”Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.
”Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o.
”bene mamãa ɖeke naganɔ ŋutilã me o, ke ŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe boŋ. Eye ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti, eye ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, ŋutinuwo katã kpɔa dzidzɔ nɛ ti.
”Elabena Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.
”Elabena alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.
”Futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.
”Elabena ele be, nu gbegblẽ sia nado magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia nado makumaku. Ke esime nu gbegblẽ sia lava ɖo magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia lava ɖo makumaku la, ekema nya, si woŋlɔ ɖi la, ava ve me bena: „Womi ku le dziɖuɖu me.“ Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsieƒe, afika wò dziɖuɖu la le?
”Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mi le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ fa akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la; elabena alesi Kristo ƒe fukpekpewo so gbɔ ŋutɔ va mía dzi la, nenema ke miekpɔa akɔfafa hã sɔ gbɔ ŋutɔ to Kristo dzi. Ke nenye ɖe míexaxa la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ, si sẽa ŋu le fukpekpe, siwo ke míawo hã míekpena ƒe dzidodo me la tae; alo nenye ɖe wofa aka na mí la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ tae. Eye míaƒe mɔkpɔkpɔ li ke le mia ŋuti, esi míenyae bena, alesi míekpɔa gome le fukpekpewo me la, nenema ke miekpɔa gome le akɔfafa me hã la ŋuti.
”Nɔviwo, míele didim be, miaƒe xaxa, si miekpɔ le Asia la, nanɔ manyamanya na mi o, bena wowɔ fu mí geɖe ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti. Ẽ, mía ŋutɔwo mieɖo kpe dzi le mía dokui me bena, míele kuku ge, bene miagaɖo dzi ɖe mía ɖokui ŋu o, hafi ɖe Mawu, amesi fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu boŋ, amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.
”Ke kesinɔnu sia le mia si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ woatso o; womimi mí ɖo le go sia go me, gake gbɔgbɔtsixe metsi mía ƒo o: míetsi dzodzodzoe, gake míebu ŋuɖoɖo keŋ o; woti mia yome, gake womegblɔ mi ɖi o; woxlã mi ɖe anyi, gake wometsrɔ mi o. Ɖaasi míetsɔa Yesu ƒe ku de mía ŋutilã ŋu nɔa tsatsami, bene Yesu ƒe agbe hã nado ɖe mía ŋutilã ŋu. Elabena ɣeawokatãyi me wotsɔ mi, amesiwo le agbe la, de asi na ku le Yesu ŋuti, bene Yesu ƒe agbe nado ɖe mía ŋutilã, si nye nu kuku la me. Eyata ku la sẽa ŋu le mia me: ke agbe la le mia me.
”Eyata ɖeɖi metea mia ŋu o: ke ne miaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe. Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí, esi míeléa ŋku ɖe nusiwo wokpɔna la ŋu o, ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe.
”Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la. Elabena esia me mieŋena le hã, eye wòle mía dzrom bena, woatsɔ mía nɔƒe, si tso dziƒo la, ado na mí;
”Eyata dzi le mía ƒo ɖaasi, eye míenyae bena, ne míele aƒe le ŋutilã me la, míeɖo aƒe le Aƒetɔ la gbɔ haɖe o. — Elabena miezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o. — Ke dzi le mia ƒo, eye wòdze mia ŋu wu be, míadzo le ŋutilã me, eye miana aƒe le Aƒetɔ la gbɔ.
”Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm, eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ. Eyata tso esia dzi la míenya amea ɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la miegale enyam nenema o.
”Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!
”ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me, le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me, le dzadzɛnyenye me, le sidzedze me, le dzigbɔgbɔ blewu me, le dɔmenyonyo me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe me, le lɔlɔ̃, si me alakpa mele o la me,
”abe amesiwo womenya o ene, gake amesiwo wodze si kɔte la woe; abe amesiwo le kukum ene, gake kpɔ ɖa, míele agbe; abe amesiwo woƒo ene, gake womewu wo o; abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.
”Menye fɔbubu ŋuti mele esia gblɔm ɖo o; elabena megblɔe tsã be, miele míaƒe dziwo me, bene miaku kpli mí, eye mianɔ agbe kpli mí hã. Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me.
”Elabena esi mieva Makedonia hã, míaƒe ŋutilã mekpɔ dzudzɔa ɖeke o, ke míekpe fu le nusianu me boŋ, dzrewɔwɔ le mía gota, eye vovɔ̃ le mía me. Ke Mawu, amesi fa akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me.
”Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve. Elabena kpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia, si míexa ɖe Mawu ƒe didi nu la, aleke wòhewɔ veviedodo geɖe na mi? Ẽ mia ɖokui taʋiʋli, ẽ dzibibi, ẽ vɔvɔ̃, ẽ didi vevi, ẽ ŋuʋaʋã, ẽ hlɔ̃biabia hã! Nusianu me míeɖe mia ɖokui fia be, mienɔ dzadzɛ le nya sia me.
”Elabena xaxa me dodokpɔ geɖe me woƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ fũ kple woƒe ahedada, si nu sẽ la, gba go le le woƒe dzimekɔkɔ ƒe kesinɔnuwo me.
”Ke ŋusẽ le Mawu si bena, amenuveve katã nagbã go na mi, bene miakpɔ agbɔsɔsɔ blibo la katã le nusianu me ɖaasi, eye miagba go awɔ ɖɔ nyui sia dɔ nyui. Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ehlẽ nu hena ame dahewo; eƒe dzodzoenyenye noa anyi tegbetegbe. Ke amesi tsoa nuku kple abolo hã kea nuƒãla, bene wòakpɔ nuɖuɖu la, ana nuku mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse natsi nyuie, bena miazu kesinɔtɔwo le nusianu me ahaɖe miaƒe dɔmenyonyo katã, si wɔ be, woada akpe na Mawu to mia dzi la afia.
”Kristo ƒe subɔlawo wònyea? — Mele nu ƒom abe amesi ƒe tame ɖa la ene — Nyee wu: Le agbagbadzedze geɖe wu me, le ƒoƒo geɖe akpa me, le gaxɔmedede geɖe wu me, le ku me agbadre. Yudatɔwo si mexɔ ƒoƒo ɖeka ɖi go blane me le zi alɔ, zi etɔ̃ woƒom kple atiwo, zi ɖeka woƒu kpem; menɔ ʋu me wògba zi etɔ̃, zã kple keli menɔ ƒutsotsoewo nu. Mezɔ mɔ enuenu; meɖo ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, meɖo ŋɔdzi me le adzodalawo dome, meɖo ŋɔdzi me le nye dukɔmeviwo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le trɔ̃subɔlawo gbɔ, meɖo ŋɔdzi me le du me, meɖo ŋɔdzi me le gbedzi, meɖo ŋɔdzi me le atsiaƒu dzi, meɖo ŋɔdzi me le aʋatsonɔviawo dome; le agbagbadzedze kple kutrikuku me; le ŋudɔdɔwo me agbadre, le dɔwuame kple tsikɔwuame me, le nutsitsidɔwo me agbadre, le vuvɔ kple amamanɔnɔ me. Nu bubu, siwo gadzo la, wonye: Amewo ƒe ziƒoƒo ɖe ŋunye gbesiagbe, kple beléte na hamewo katã. Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nyemefiã oa? Ne ele nam be, maƒo adegbe la, maƒo adegbe le nusiwo le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ gome la ŋuti.
”Nenem me sia ŋuti maƒo adegbe le; ke le ɖokuinye ŋuti la nyemaƒo adegbe o, negbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋuti ko.
”hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o. Esia ŋuti meyɔ Aƒetɔ la zi etɔ̃, bene wòadzo le ŋunye. Eye wògblɔ nam bena: Nye amenuveve so gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Eyata mele lalam wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nana dzinye. Eyata mekpɔa ŋudzedze nyui le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, le ŋutasesẽwo me, le hiãkamewo me, le yometitiwo me, le xaxawo me le Kristo ŋuti; elabena ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.
”Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me. Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.
”Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,
”Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.
”eye wòfɔ mi ɖe tsitre kplii, eye wòtsɔ mía kplii ɖo dziƒonutowo me le Kristo Yesu me,
”Esiaŋuti la nye Paulo, Yesu Kristo ƒe gatɔ le mi trɔ̃subɔlawo ŋuti la,
”Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la le tamebɔbɔɖeanyi kple dɔmefafa katã me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye mihe adodo kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me,
”elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem. Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.
”Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta kple nye hã lanye, bena ne meke nu la, woatsɔ nya nam, bene makpe dzideƒo ana woanya nyanyuie la ƒe nya ɣaɣla, esi ŋuti menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔ me, bene dzi nado ƒonye le eme, abe alesi wòdzem be, maƒo nu ene.
”Elabena nye la Kristo enye agbe nam, eye ku enye viɖe nam. Ke ne nye agbenɔnɔ le ŋutilã me na nye dɔwɔwɔ tsea ku la, nyemenya nusi matia le eme o. Elabena mexaxa ɖe nusiawo kpakple eve dome: Ele dzroyem be, madzo ayi aɖana Kristo gbɔ, elabena esia nyo wu sã;
”elabena eɖi na mi le Kristo ta bena, menye ɖe miexɔ Kristo dzi se ɖeɖeko o, ke boŋ miekpea fu le eta hã;
”Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o.
”Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.
”bene madze si eyama kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ kple eƒe fukpekpewo ƒe hadede, eye masɔ kplii le eƒe ku me,
”Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso, amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.
”Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi! Amewo katã nanya miaƒe tufafa! Aƒetɔ la gogo. Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.
”Menya alesi mabɔbɔ ɖokuinye de anyi, eye meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la nasrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã, makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã. Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me. Gake la miewɔe nyuie be, miexɔ nam le nye xaxa me.
”Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.
”eye miatsi le sidzedze Mawu me, eye wòado ŋusẽ mi kple ŋusẽ katã lé eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã; eye mitsɔ dzidzɔ da akpe na Fofo, si na miedze ame kɔkɔewo ƒe domenyinyi ƒe gomekpɔkpɔ le kekeli la me, amesi ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me,
”Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,
”Azɔ ne wofɔ mia kple Kristo ɖe tsitre la, ekema midi nusiwo le dziƒo, afisi Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe nuɖusi me. Mitsɔ miaƒe tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu, menye anyigbadzinuwo ŋu o. Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me. Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.
”Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo!
”ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.
”bene amea ɖeke nagaʋuʋu le xaxa siawo me o; elabena mia ŋutɔwo mienyae bena, esiawo ke ŋuti woɖo mí ɖo; elabena esime mienɔ mia gbɔ la, miegblɔe ɖi na mi bena, miaɖo xaxa me tsã, abe alesi wòva ve me, eye mienyae hã la ene. Eyata nye hã, esi nyemegale ŋu do dzi o la, medɔ ɖo ɖa, bene manya miaƒe xɔse, bena misela tela te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedze zu dzodzro mahĩ!
”Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o. Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii. Elabena míele esia gblɔm na mi le Aƒetɔ la ƒe nyaa de me bena, mí amesiwo susɔ le agbe yiɖase ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la, miadze ŋgɔ na amesiwo dɔ alɔ̃ la o.
”Dzi nadzɔ mi ɖaa! Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe! Mida akpe le nusianu ŋuti; elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le Kristo Yesu me hena mi.
”Ke ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ kpakple ŋutilã blibo la katã ɖo mokaka manɔŋui halase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la! Nuteƒewɔla enye amesi yɔ mi ve, amesi lawɔe hã.
”ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti; nusiwo nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi bena, wobu mi be, miedze Mawu ƒe fiaɖuƒe, si ŋuti míekpe fu ɖo la, ne ele ale bena, edzo le Mawu ƒe ŋku me bena, wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo na xaxa mi; eye mi amesiwo kpo xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me
”Ke mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, amesi lɔ̃ mi, eye wotsɔ akɔfafa mavɔmavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui na mí to amenuveve me la, nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi le dɔwɔwɔ nyui kple nya nyui katã me.
”Ke ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana ŋutifafa mi le ɣeawokatãɣi me le nusianu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã!
”Megano tsi ɖeɖe o, ke boŋ no wein via ɖe le wò dɔgbo kple lãmegbegblẽ enuenu la ŋuti.
”Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atso naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.
”Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.
”Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu, amesi ɖe mí, eye wotsɔ yɔyɔ kɔkɔe yɔ mí; menye le míaƒe dɔwɔwɔwo nu o, ke boŋ le ye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoɖi kple amenuveve la nu, si wòtsɔ na mi le Kristo Yesu me, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme. Ke azɔ la woɖee fia to mía xɔla Kristo Yesu ƒe dodo me, amesi ɖe ku ɖa, eye wòhe agbe kple magblẽmagblẽ ɖe go va kekeli nu to nyanyuie la me, esi nu woɖom menye gbeƒãɖela kple apostolo kpakple trɔ̃subɔlawo ƒe nufiala, nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.
”nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o. Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi. Nyateƒenya wònye: Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplim, ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;
”Ke wò la èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo, nye yometitiwo kple nye fukpekpe, siwo mekpe le Antioxia kple Ikonio kple Listra la yome; yometiti ma, siwo medo dzi kpe la, Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me. Ke amesiwo katã ɖina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.
”Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.
”Elabena nye la wotsɔm le memem xoxo, eye nye dzodzoɣi la gogo. Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi. Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.
”Le ɖokuinye nuɖeɖe gbãtɔ me la amea ɖeke mede dzinye o, ke boŋ wo katã wogblẽm ɖi. Womagabu esia na wo o. Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me. Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
”ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;
”Paulo, Kristo Yesu ƒe gatɔ, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Filemon, mía lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla,
”Esi menye amesia tɔgbe la, nye Paulo tsitsi, si nye Kristo Yesu ƒe gatɔ hã azɔ la,
”Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la, eye woade amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me la.
”Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.
”Eyata esi eƒe dzudzɔ me yiyi ŋugbedodo gali na mi ŋutilã, minɛ miavɔ̃, bene woagakpɔ mía dome amea ɖeke be, etsi eŋuti o Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o. Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi. Elabena egblɔ le afia ɖe le ŋkeke adrelia ŋuti bena: „Eye Mawu dzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi tso eƒe dɔwɔwɔwo katã me.“ Eye wògagblɔ le afisia bena: „Ne woahade nye dzudzɔ la me fi!“ Eyata esi wòsusɔ bena, amea ɖewo nayi ɖe eme, eye amesiwo wogblɔ nyanyuie la fia gbã la, meyi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti la, egaɖo ŋkekea ɖe le Dawid nu le ɣeyiɣi sia megbe bena: „Egbegbe,“ abe alesi wogblɔ ɖi ene bena: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime o.“ Elabena ɖe Yosua kplɔ wo yi ɖe dzudzɔ me la, anye ne megaƒo nu emegbe la le ŋkeke bubua ɖe ŋuti o. Eyaŋuti Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la.
”Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.
”Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti; eye wònye Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wokpe la me;
”Ke miɖo ŋu tsã ŋkeke, siwo me miedo dzi le heʋli geɖe le fukpekpewo me, le esime woklẽ ɖe mia me megbe la; eye wotsɔ ŋukpedodowo kple xaxawo wɔmi du ƒe nukpɔkpɔ, eye míezu amesiwo wowɔ nenema ke la ƒe hadelawo. Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo. Eyata migatsɔ miaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la, ƒu gbe o. Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la. „Elabena esusɔ ʋee ko, tete amesi gbɔna la, nava, eye mahe ɖe megbe o; ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“
”Eyata tso ame ɖeka, si ƒe vidzidɔ ku la me, dzidzime va dzɔ sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ ene, eye abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ o la ene.
”Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi.
”Le xɔse me, esi Mose tsi la, egbe be, womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o; elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi via ɖe ko me, eye wobu ŋukpe, si wodo Kristo la, kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa. Le xɔse me wògblẽ Egipte ɖi, eye meva fia ƒe dɔmedzoe la o; elabena edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.
”Eye nuka míagagblɔ mahã? Elabena ɣeyiɣi la made nam be, magblɔ nya le Gideon, Barak, Simson, Yefla, Dawid, Samuel kple nyagblɔɖilawo ŋuti o, amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me, wowɔ dzɔdzɔenyenyedɔwo, woxɔ ŋugbedodowo, womiã nu na dzatawo, wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wòsi le yi nu, wogazu sesĩe tso gbɔdzɔgbɔdzɔ me, wosẽ ŋu le aʋawɔwɔ me, eye wòsi futɔwo ƒe aʋakɔwo. Nyɔnuwo xɔ woƒe ame kukuwo agbagbe le tsitretsitsi me. Ke wowɔ tu ame bubuwo, eye wogbe xɔxɔ, bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu; ke ame bubuwo la woto fewuɖuɖu kple ƒoƒo ƒe dodokpɔ me, ke gawu la bablawo kple gaxɔ me nɔnɔ me; woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa, wote wo kpɔ, wowu wo kple yi, wonɔa tsatsam le alẽgbalẽwo kple gbɔ̃gbalẽwo me, le koɖoɖo, xaxa kple fukpekpe me, amesiwo xexeame medzena kura o la, wotra mɔ henɔ tsatsam le gbedziwo kple towo kple agadowo kple anyigba ʋewo me. Eye amesiawo katã la, wònye woxɔ ɖaseɖiɖi nyui to xɔse me hafi, gake woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o; elabena Mawu kpɔ nua ɖe, si nyo wu la, da ɖi na mí, bena womagawɔ wo blibo miawo mia eme manɔmanɔ o.
”Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me. Mibu amesi ɖo dzi kpe nuvɔ̃wɔlawo ƒe ɖeklemiɖeɖe na ye ŋutɔ la ŋu, bena ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le mia luʋɔwo me o.
”Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o; eye mieŋlɔ nuxɔxlɔ̃, si ƒoa nu na mi abe viwo ene la be, eyae nye be: „Vinye, megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò, ne eka ŋku me na wò o; elabena amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si woxɔna la, kple atam.“ Ne miedo dzi le tohehe me la, Mawu awɔ ɖe mia ŋu abe viwo ene; elabena vi kae li, si fofoa mehea to nɛ o mahã? Ke ne mimekpɔ tohehe, si gomekpɔlawo wo katã wonye o la, ekema ahasiviwo míenye, eye menye vi vavãwo míenye o. Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã? Woamawo he to na mí ŋkeke ʋeea ɖewo ko, le alesi wobu be, enyo la nu, ke eya la hea to na mí le miaƒe nyonyo ta, bene míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. Ke le fifi ɣeyiɣi me la miebua tohehe kalẽ dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.
”Eyata migado ŋusẽ asi, siwo wɔ gblɔdɔɔ, kple klo, siwo me tu la, eye miɖe mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo, bena xɔdrɔ̃ la nagatre mɔ o, ke boŋ woada gbe le eŋu.
”Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene.
”Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“ Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“
”Eyata Yesu hã kpe fu le agbo la godo, bene wòatsɔ ye ŋutɔ ƒe ʋu akɔ eƒe dukɔ la ŋuti. Azɔ la, minɛ míado go ayi ɖe egbɔ le asaɖa godo atso eƒe ŋukpe aɖo mía ɖokui dzi. Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim.
”Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse. Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.
”Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo. Ke dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo, bena mianye ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke nagahiã mi o.
”Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.
”Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wo miaƒe kpɔɖeŋu. Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dometɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.
”Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo. Ne mia dome amea de ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye wòasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee. Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.
”si me miatso aseye le, wònye ele na mi be, miaxa nu azɔ ɣeyiɣi ʋeea ɖe le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me hafi, bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;
”Elabena esiae nye amenuveve, ne amea de do dzi le xaxawo me, eye wòkpea fu madzemadze le dzitsinya, si vɔ̃a Mawu la ta. Elabena ne woƒo mi le nuvɔ̃wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, adegbeƒoƒo ka wònye ma? Ke ne míekpe fu le nu nyui wowɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me. Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome, amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o; esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wokpe fu la, meɖo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe ɖe asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ. Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.
”Ke ne miekpe fu le nu dzɔdzɔe ŋuti hã la, woayra mi. Ke migavɔ̃ woƒe vɔvɔ̃ o, eye ŋɔ hã nagadzi mi o;
”Elabena ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, fukpekpe le nu nyui wɔwɔ ŋuti enyo wu fukpekpe le vɔ̃wɔwɔ ŋuti. Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;
”Azɔ esi Kristo kpe fu ɖe mia ta le ŋutilã me ŋuti la, miawo hã mikpla tamesusu ma ke abe aʋawɔnuwo ene; elabena amesi kpe fu le ŋutilã me la, edzudzɔ nuvɔ̃wɔwɔ,
”Lɔlɔ̃tɔwo, migana fiafiã ƒe tetekpɔ, si va mia dzi hena mia dodokpɔ la, nawɔ yaa ɖe mi, abe nyaa ɖe ƒomevie va dzɔ ɖe mia dzi ene o; ke boŋ zi geɖe alesi miekpɔ gome le Kristo ƒe fukpekpewo me la, zi geɖe ma ke mikpɔ dzidzɔ bena, le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia me hã la míakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye. Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi; ame mawo gbɔ la wogblɔ busunya ɖe eŋuti, ke mia gbɔ la wokɔ eŋuti. Ke mia dome amea ɖeke nagakpe fu abe hlɔ̃dola alo fiafitɔ alo vɔ̃wɔla alo abe amesi doa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me la ene o; ke ne amea ɖe kpe fu abe kristotɔ ene la, megakpe ŋu ne o, ke nekafu Mawu le nya sia me boŋ.
”Eyata amesiwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, natsɔ woƒe luʋɔwo ade asi na wolã nuteƒewɔla la le dɔ nyui wɔwɔ me.
”Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:
”Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi de dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi. Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene; minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi. Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.
”Esi eƒe Mawu me ŋusẽ tsɔ nusiwo katã nyo hena agbe kple mawusosroɖa la, ke mi to sidzedze amesi tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ yɔ mi la me;
”ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo;
”Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene. Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.
”Viwo, miawo la Mawu me mietso, eye mieɖu wo dzi; elabena amesi le mia me la, etri akɔ wu amesi le xexeame.
”Eye míawo miedze si lɔlɔ̃, si Mawu tsɔ lɔ̃a mí, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye amesi nɔa lɔlɔ̃ la me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me. Esia me lɔlɔ̃ la zu blibo le mía gbɔ le, bena dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃gbe; elabena alesi eyama le la, nenema ke míawo hã míele le xexe sia me. Vɔvɔ̃a ɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe: elabena fetu vɔ̃ le vɔvɔ̃ me: ke amesi le vɔvɔ̃m la, mezua blibo le lɔlɔ̃ me o.
”Elabena nusianu, si wodzi tso Mawu me la, ɖua xexeame dzi, eye dziɖuɖu, si ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse. Amekae nye amesi ɖua xexeame dzi, ne menye amesi xɔnɛ sena bena, Yesu ye nye Mawuvi la o mahã?
”Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema mienyae bena, miexɔa nusiwo míebia tso egbɔ la.
”Lɔlɔ̃tɔ, mele didim be, nuwo katã nadze dzi na wò nyuie, eye wò lãme nanɔ sesĩe, abe alesi wò luʋɔ le nyuie la ene.
”kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.
”Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.
”Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo bena: Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ. Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!
”Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.
”Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.
”Eye amesi ke ɖu dzi, eye wòlé nye dɔwɔwɔwo me ɖe asi yiɖase ɖe nuwuwu la, mana ŋusẽe ɖe trɔ̃subɔlawo dzi, eye wòakplɔ wo kple gatikplɔ, eye woagbã wo gudugudu abe zemela ƒe zewo ene, abe alesi nye hã mekpɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene, eye matso ŋukeɣletivi anɛ. Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me. Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu. Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene. Amesi ke to li nɛ la, nèse nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.
”Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me. Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome. Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o; elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.
”Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.
”Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le. Eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Ŋlɔ bena: Woayra ame kuku, siwo ku le Aƒetɔ la me tso esia dzi heyina: ẽ, Gbɔgbɔ la gblɔ bena, woadzudzɔ wo dokui tso woƒe agbagbadzedzewo me, elabena woƒe dɔwɔwɔwo dze wo yome.
”Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.
”Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.
”Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo. Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa. Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.
”