30 – Dziƒoyiyi La
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Dziƒoyiyi La.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Dziƒoyiyi La.
Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe. Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.
”Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã; emegbe la mi amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.
”Ke míele kuku dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple mia ƒuƒoƒo de eyama gbã la ŋuti, bene miagana woate mi ɖa kaba tso miaƒe tamesusu me o, eye miagana woado voɖi na mi hã o, eɖanye to gbɔgbɔ alo to nya me o alo to agbalẽ, si le abe mía gbɔ wòtso ene la me o, abe ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ɖo va ene. Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go, amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.
”Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.
”Ke nyea menyae be, nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me. Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu. Makpɔe na ɖokuinye, nye ŋutɔ nye ŋkuwo akpɔe, eye menye ame bubu o. Ele nye ayikuwo dzrom le dɔ me.
”Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem. Adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye woatso nya me na dukɔ geɖewo; woatso woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatso woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatso yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋa wowu hã azɔ o.
”Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu! Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi. Elabena ŋkeke li na Yehowa Zebaot ɖe dadalawo katã kple ame kɔkɔwo, ɖe nusiwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ ɖe anyi; ɖe Libanon ƒe sedertiwo katã, siwo ko, eye woƒo ta la ŋu, ɖe Basan ƒe logotiwo katã ŋu; ɖe to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ŋu; ɖe xɔ tsrala kɔkɔwo katã kple gli sesẽwo katã ŋu; ɖe Tarsis-ʋuwo katã kple nukpɔkpɔ veviwo katã ŋu. Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi. Eye legbawo nu ayi keŋkeŋ. Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba. Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo, ne wòayi agadowo kple kpetowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.
”nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome. Eye Yehowa aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion-to ƒe nɔƒewo katã kple eƒe takpeƒewo le ŋkeke me kpakple dzo keklẽ le zã me; elabena wòa tsyɔ nu atsyɔɖoɖowo katã dzi,
”Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mava, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.
”Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene. Eyata asiwò katã ado agblɔ, eye amegbetɔwo ƒe dziwo katã alólo gbanaa. Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ! Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna, dziku kple dɔmedzoe heliheli, ne wòado gbegbe anyigba la, eye woatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi. Elabena dziƒoɣletiviwo kple woƒe avũ kple avũtɔwo mana woƒe kekeli naklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli naɖi o. Matu xexeame ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ame vɔ̃ɖiwo ƒe vodada ŋu fe na wo, mana dadalawo ƒe dada nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to. Mana amegbetɔ nave abe sika nyuitɔ ene, eye ame kodzogbea abe Ofir-sika ene. Eyata matsɔ Yehowa Zebaot ƒe dzikudodo kple eƒe dɔmedzoedogbe ana dziƒo nadzo kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le enɔƒe.
”Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.
”Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu kple dziku ɖe woƒe aʋakawo katã ŋu; edo busu wo, eye wòtsɔ wo de asi, be woawu; wotsɔ woƒe ame tsiaʋawo xlã ɖe anyi, woƒe ame kukuwo ƒe ʋeʋẽ de dzi, eye woƒe ʋu na towo lolo gbanaa. Dziƒo ŋu nuwo katã nu ayi, woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene, eye eŋu nuwo katã alé akpɔ̃, abe alesi aŋgba yrɔna le weinka ŋu kple alesi gboti ƒe aŋgba yrɔnae ene. Elabena nye yi mũ aha le dziƒo, eye woge dze Edom, dukɔ, si medo busui la dzi hena ʋɔnudɔdrɔ̃. Ʋu ƒo Yehowa ƒe yi, ami ɖoe, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie; elabena Yehowa le vɔsa ŋkekenyuie ɖum le Bozra kple lãwu ŋkekenyuie gã le Edom-nyigba dzi. Woawo kple tòwo siaa woamũ adze anyi hekpe ɖe nyitsuwo kple nyiwo ŋu, woƒe anyigba ano woƒe ʋu, eye ami adzaba woƒe ke. Elabena hlɔ̃biagbe, teƒeɖoɖo ƒe ƒe wònye tso Yehowa gbɔ, ne woawo avu na Zion. Eƒe toʋuwo atrɔ zu aŋe, eƒe kewɔ azu aŋɔ, eye eƒe anyigba azu age bidzo, Matsi o zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee, atsi anyi gbegbee tso dzidzime yi dzidzime, eye amea ɖeke mato edzi akpɔ o tegbee.
”Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o. Meta ɖokuinye, nya vava do tso nye nu me, eye matrɔ o be: Klowo katã ata anyi nam, eye aɖewo katã aka atam nam
”nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tame-ɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi;
”Lé to ɖe wò dzɔlawo ŋu! Wo katã ƒe gbe de dzi, eye wotso aseye; elabena woƒe ŋkuwò kpɔ eteƒe, esime Yehowa trɔ gbɔ va Zion.
”Elabena kpo ɖa, mawo dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o;
”Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee.
”Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.
”Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli maɖi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu. Alesi lãkplɔvi ɖea ŋku ɖe eƒe lãhawo le gbesigbe wòle eƒe alé, siwo ka hlẽ dome la, nenema maɖe ŋku ɖe nye alẽwo, eye maɖi wo aƒo ƒu tso teƒe, siwo katã woka hlẽ ɖo le blukɔ kple tsizidogbe la. Makplɔ wo tso dukɔwo dome, eye maƒo wo nu ƒu tso anyigbawo dzi, makplɔ wo ava woƒe anyigba dzi, eye manyi wo le Israel ƒe towo dzi kple bali wo me kpakple anyigba la ƒe amenɔƒewo katã.
”Eyata gblɔ nya ɖi nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nye dukɔ, kpɔ ɖa, mele miaƒe yɔdowo ʋu ge, mana miado atso miaƒe yɔdowo me, eye makplɔ mi ayi miaƒe anyigba dzi. Nye dukɔ, miadze sii be, nyee nye Yehowa, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye mena mieɖo tso miaƒe yɔdowo me.
”Ke Mawua ɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nehukadnezar. Wò drɔ̃ekuku kple ŋutega, si va ta me na wò le wò aba dzi la, enye si;
”Wò fia, éɖo ŋku anyi, eye nèkpɔ legba gãa ɖe; legba la lolo, eye eƒe dzodada teƒe mekɔ o, ele tsitrenu de ŋkuwò me, eye eƒe nɔnɔme dzi ŋɔ. Legba sia ƒe la nye sika nyuitɔ, eƒe akɔta kple eƒe abɔwo nye klosalo, eye eƒe ƒodo kple ali nye akɔbli; eƒe ata wo nye gɔyibɔ, eƒe afɔwo ƒe akpaa ɖewo nye gayibɔ, eye akpaa ɖewo nye tsu. Eye esi néle ekpɔm la, kpea ɖe, si menye ame ƒe asie ɖae o la, ge va dze legbɔ la ƒe afɔ, si nye gayibɔ kple tsu la dzi, eye wògbae guduguɖu. Ale gayibɔ kple tsu, akɔbli, klosalo kple sika wogbã gudugudu, eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene, ya kplɔ wo dzoe, eye womegakpɔ wo teƒe o; ke kpe, si dze legbaa dzi la, zu to gãa de hexɔ anyigba blibo la dzi.
”Drɔe la nye esia, Azɔ miaɖe egɔme na fia la. Wò fia, si nye etiɔwo ƒe fia, amesi dziƒo ƒe Mawu la tsɔ fiaɖuɖu, ŋusẽ, kamesesẽ kple bubu na, wò amesi wòtsɔ nu gbagbewo katã, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asi na, eye wòtsɔ wò ɖo aƒetɔ ɖe wo katã nu la, wòe nye sika ta la. Ke fiaɖuƒe bubu ava ɖe yowòme, si anɔ ʋee wu tɔwò; emegbe fiaɖuƒe etɔ̃lia ava, si nye akɔblitɔ, eye wòaɖu anyigba blibo la dzi.
”Fieɖuƒe enelia asesẽ abe gayibɔ ene, elabena gayibɔ ƒoa nuwo katã, eye wògbãa wo gudugudu; alesi gayibɔ gbãa nui la, nenema wòaƒo ekemeawo katã, eye wòagbã wo gudugudui. Esi nékpɔ be, afɔwo kple afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye tsu, eye akpaa ɖewo nye gayibɔ la, nenema fiaɖuƒe la amãe; gayibɔ ƒe sesẽ anɔ eme, elabena ékpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka. Alesi afɔbideawo ƒe akpaa ɖewo nye gayibɔ, eye akpaa ɖewo nye tsu la: nenema fiaɖuƒe la ƒe akpaa ɖe asesẽ, eye akpaa ɖe masesẽ o. Eye alesi nèkpɔ gayibɔ kple tsu wotsaka la, nenema woatsaka kple amegbetɔwo ƒe ƒomeawo, ke womalé ɖe wo nɔewo ŋu o, abe alesi gayibɔ kple tsu menye tsakana o ene.
”Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee. Elabena ékpɔ kpea ɖe, si ame ƒe asi meɖa o la, ge tso to dzi va gbã gayibɔ, akɔbli kple tsu, klosalo kple sika la. Mawu gã lae ɖe nusi gbɔna gbaɖegbe la fia fia la. Drɔ̃e la le eme, eye eƒe gɔmeɖeɖe le eteƒe.
”Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu. Lã gã ene do tso atsiaƒu la me, eye woto vovo tso wo nɔewo gbɔ. Gbãtɔ ɖi dzata, eye wòto aʋala abe hɔ̃ ene; meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotu aʋala te eŋu, eye wokɔe dzi tso anyigba hetsɔe ɖo afɔ dzi abe amegbetɔ ene, eye wona ame ƒe dzii. Lã evelia ɖi sisiblisi, eye wotsɔe ɖo go ɖeka me; agbaƒuti etɔ̃ le nu me nɛ le eƒe aɖuwo dome, eye wogblɔ nɛ bena. Tso naɖu lã geɖe! Eyome meɖo ŋku anyi hekpɔ lã bubu wòɖi lãkle, eye wòto aʋala ene ɖe mẽdome abe xevi ene; lã la to ta ene, eye wona ŋusẽe. Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo. Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃.
”Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi eye amegã ɖeɖia ɖe bɔbɔ nɔ edzi, eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi. Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.
”Meɖo ŋku anyi le nu kpɔm le nya gãgã, siwo gblɔm lãdzoa le la ta; mede ŋku ɖee, vaseɖe esime wowu lã la, wogblẽ eƒe kukua, eye wotɔ dzoe. Woxɔ ŋusẽ le lã mamleawo hã si, eye woɖo agbenɔɣi na wo vaseɖe ɣeyiɣi kple gaƒoƒo dzi.
”Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.
”Lã gã eneawo nye fia ene, siwo le anyigba dzi va ge. Fiaɖuƒe la asu dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo si, eye fiaɖuƒe la anɔ wo si me ɖaa tegbetegbe.
”Emegbe mebia nyee tsitoo le lã enelia, si to vovo tso bubuawo katã gbɔ, ŋɔdzi kple vɔvɔ le eŋu, eƒe aɖuwo nye gayibɔ, eye eƒe fewo nye akɔbli, eɖu nu gbã nu hefãnya mamlea kple afɔ; dzo ewo, siwo le eta, eye wo ame etɔ̃ tu le wo ŋu, kple dzo bubu, si to, eye ŋkuwo le eŋu, eto nu, si gblɔa nya gãgãwo, eye wòlolo wu bubuawo la ŋu. Maɖo ŋku anyi kpɔ be, dzo keme awɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye wòɖu wo dzi. Mlɔeba la amegã ɖeɖi la va, eye wòtso afia na dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo, eye azã ɖe be, ame kɔkɔeawo naxɔ fiaɖuƒe la.
”Ale wògblɔ esi: Lã enelia le fiaɖuƒe enelia nye ge le anyigba dzi, eye wòato vovo tso fiaɖuƒewo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la, eye wòafanyae ahagbãe gudugudu. Dzo ewoawo gɔme enye si: Fia ewo adzɔ le fiaɖuƒe ma me, eye bubu adzɔ ɖe wo yome ato vovo atso gbãtɔwo gbɔ, eye wòabɔbɔ fia etɔ̃ ɖe anyi. Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã. Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi. Woatsɔ fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ: eƒe fiaɖuƒe anye fiaɖuƒe mavɔ, eye dziɖulawo katã àsubɔe ahaɖo toe.
”Dzo suea ɖe to tso wo dometɔ ɖeka me, eye wòlolo ŋutɔ ɖo la dziehe kple ɣedzeƒe gome kpakple anyigba nyo la gbɔ. Edo eɖokui ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu nuwo ŋuti, eye wòdudu dziƒo ŋu nua ɖewo kple dzinuviwo ƒo ɖe anyi henyã avuzi lewo dzi. Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Wòtsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ho aʋa ɖe gbesiagbe vɔsa ŋu; elé nyateƒe ƒu anyi, eye eƒe nuwɔwɔ dze edzi nɛ. Eye mese ame kɔkɔea ɖe le nu ƒom; ame kɔkɔe la bia amea ɖe gblɔ bena: Ɣekaɣle gbesiagbe vɔsa kple nugblẽla ƒe nu vɔ̃di wɔwɔ, si va me le ŋutega me, be wotsɔ kɔkɔeƒe la kple aʋakɔwo na wofanya la, ava se ɖo? Eɖo ŋu nam bena: Aɖe fiẽ kple ŋɖi akpe blave vɔ etɔ̃, emegbe woagaɖo kɔkɔeƒe la te.
”Esi nye Daniel mekpɔ ŋutega sia la, medi be, mase egɔme, eye kpɔ ɖa, amea ɖe le tsitre ɖe ŋgɔnye le abe ŋutsu ene. Eye mese amegbetɔ ƒe gbe le Ulai titina wògblɔ bena: Gabriel, ɖe ŋutega la gɔme na ame sia! Eva afisi metsi tre ɖo, eye esi wova la, dzidzi ƒom metsyɔ mo anyi. Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ƒu to anyi, ŋutega sia la, nuwuɣi ŋu wòle ɖo. Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, maɖe nusi le dzɔdzɔ ge, ne dɔmedzoe wu enu la, afia wò; elabena nuwuɣi ŋu wòle ɖo.
”Ne woƒe dziɖuɖu wu nu, eye nu vlo wɔwɔwo nu flɔ la, fia vlo, si dze aɖaŋu la, ado. Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la. Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee. Fiẽ kple ŋdi ƒe ŋutega, si ŋu woƒo nu le na wò la, nyateƒee; dzra ŋutega la ɖo ɖe ta me, elabena eteƒe le didi ge.
”Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu. Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi. Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu. Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.
”Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo.
”Fia eveawo aɖo ta me ɖe gbegblẽ ŋu, eye woagblɔ alakpanya le kplɔ̃ ɖeka ŋu, ke madze edzi na wo o, elabena ɣeyiɣi woɖo na nuwuwu la. Atsɔ kesinɔnu geɖe atrɔ yi eƒe anyigba dzi; atsɔ eƒe tame edo nubabla kɔkɔe la ŋu, eye ne ewɔe vɔ la, alrɔ yi eƒe anyigba dzi.
”Le ɣeyiɣi, si woɖo dzi la, agava ƒo ɖe dziehe-nyigba dzi, ke zi evelia manɔ abe zi gbãtɔ ene o. Elabena Kititɔwo ƒe ʋuwo aho ɖe eŋu, dzi aɖe le eƒo, eye wòatrɔ ahado dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, eye wòawɔe aɖe goe; eye ne etrɔ yi aƒe la, atsɔ ŋku aɖo amesiwo gblẽ nubabla kɔkɔea ɖi la ŋuti. Aɖo aʋakɔ ɖa, wòava gblẽ kɔ ɖo na mɔ̃ sesẽ kɔkɔe la, woatsi gbesiagbe vɔsa nu, eye woaɖo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o la anyi. Atsɔ numevivi able amesiwo to vo ɖe nubablaa ŋu la nui; ke amesiwo dze si woƒe Mawu la, alé dzi ɖe ƒo awɔ nu ade goe. Dukɔ la ƒe ame nyanuwo afia nunya ame geɖewo; eye woatsi yi, dzo, gaxɔ kple nuxaxa si me eteƒe nadidi ʋee. Le woƒe alɔ ƒe toyiyi me la woaxɔ na wo vie, eye ame geɖewo atsɔ numevivi aku ɖe wo ŋu.
”Nunyalawo dometɔa ɖewo atsi aʋa ne woado wo akpɔ kple dzo, woakɔ wo ŋuti, ne wo me nadza vaseɖe nuwuɣi, si wodo ɖi la.
”Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge. Malé ŋku de fofoawo ƒe mawuwo ŋu o, eye malé ŋku de nyɔnuwo ƒe nu malɔ̃nugbɔa kple mawu sia mawu ŋu o, ke boŋ atɔ asi akɔ ɖe nusianu ŋu. Asuhɔ mawu, si le mɔ sesẽwo me la, ɖe wo teƒe, eye wòatsɔ sika kple klosalo, kpe xɔesiwo kple nu veviwo asubɔ mawu, si fofoawo menya o. Atsɔ mawu tutɔ ƒe dukɔ ade ma sesẽwo me; ade bubu gã amesiwo xɔ ɖe edzi la ŋu, atsɔ wo aɖo amegã ɖe ame geɖewo nu, eye wòamã anyigba woanye fetu na wo.
”Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi. Ava anyigba nyo la dzi, eye ame nanewo atsi aʋa; ke Edom, Moab kple Amon-viwo ƒe ame ŋkutawo asi le enu. Ado eƒe asi ɖa ɖe anyigbawo ŋu, eye womaɖe Egipte-nyigba o. Egipte ƒe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple nu veviwo katã anɔ esi me, eye Libitɔwo kple Kusitɔwo anɔ eye me. Ase nya tso ɣedzeƒe kple anyiehe wòado ŋɔdzi nɛ, eye wòaho kple dziku gã, be wòagblẽ ame geɖewo atsrɔ wo. Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.
”Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me. Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ. Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee. Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.
”Eye nye Daniel mekpɔ ame bubu eve wole tsitre ɖi, ɖeka le tɔsisi la ƒe go si me, eye evelia le tɔsisi la ƒe go keme. Eye wo ɖometɔ ɖeka gblɔ na ŋutsu, si le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisi la ƒe dzigbe gome bena; Ɣeka ɣie nu manyatanuwo ƒe nuwuwu la ase ɖo? Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me.
”Mesee, ke nyemese egɔme o, eye megblɔ bena; Nye aƒetɔ, nusiawo ƒe nuwuwu ɖe? Eɖo ŋu bena Daniel, heyi, elabena nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi. Woatia ame geɖewo, woakɔ wo ŋuti, eye woado wo akpɔ kple dzo; eme vɔ̃ɖiwo awɔ nu vɔ̃ɖi, eye eme vɔ̃ɖiwo katã mase egɔme o, ke nunyalawo ase egɔme.
”Tso ɣeyiɣi, si dzi wotsi gbesiagbe vɔsa nu, eye wodo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o anyi la, le ŋkeke akpe ɖeke alafa eve kple blaasieke. Woayra amesi ɖo dzi, eye ŋkeke akpe ɖeka alafa eta blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖo ɖee la. Ke wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo, gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.
”Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la ãyɔm he „srɔ̃nye“, nye mãgayɔm be „nye Baal“ azɔ la.
”Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe! Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o. Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o. Woƒe mo le abe sɔwo ƒe mo ene, eye wole du dzi abe sɔɖolawo ene. Wole kpo dim le towo ta me abe tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ene; wole zi nyẽm, abe alesi dzo fiãa gbe ƒuƒui ene, eye wodze aʋa abe aʋakɔ gãa ɖe ene. Dukɔwo dzo nyanyanya le eŋgɔ, eye mowo katã fu tititi. Wole du dzi abe kalẽtɔwo ene, eye wole gli liam abe aʋamewo ene, wo dometɔ ɖesiaɖe lé eƒe mɔ tsɔ, eye womeɖɔa li woƒe toƒewo o. Wo dometɔa ɖeke memimi nɔvia ɖo o, amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; wode ta aŋutrɔwo me, ke womexɔ abi o. Wole tsa glãla tsam le dua me, eye wole du ƒum le gli dzi, woge ɖe xɔwo me, eye wòto fesrenu ge ɖe eme abe fiafitɔ ene. Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi. Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
”Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo. Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi.
”Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ. Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo. Eye woava me be, woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la; elabena xɔname anɔ Zion-to la dzi kple Yerusalem kpakple ame mamlea, siwo Yehowa ayɔ la dome, abe alesi Yehowa do eŋugbee ene.
”Minyẽ hɛ gobɛwo, elabena nukuwo ɖi! Miva miafanya nu, elabena weinfiãƒe yɔ, eye weinfiãnu gbagba; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo. Amehawo kplɔ amehawo ɖo gbɔna nyametsobali la me; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe le nyametsobali me la, Ɣe kple ɣleti ado viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu atsi. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna wose eƒe gbe tso Yerusalem, ale be dziƒo kple anyigba ʋuʋu. Ke Yehowa enye sitsoƒe na eƒe dukɔ kple mɔ̃ sesẽ na Israel-viwo.
”Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, mia Mawu la, amesi le nye to kɔkɔe Zion dzi; Yerusalem azu kɔkɔeƒe, eye ame tatɔwo magato eme azu o. Le ɣemaɣi la towo atsyɔ aha yeye, eye togbɛwo aɖuɖu notsi, tsi ayɔ Yuda-tɔʋuwo katã agbagba, eye tsi adzɔ tso Yehowa ƒe aƒe la me ahade tsi xetiwo ƒe bali la me. Egipte azu aƒedo, eye Edom azu gbegbe ƒeƒle, le ŋuta, si wosẽ le Yuda-viwo ŋu, eye wokɔ du maɖifɔ ɖe anyi le woƒe anyigba dzi la ta. Ke Yuda anɔ anyi tegbee, eye Yerusalem anɔ dzidzimewo katã me; mabia hlɔ̃ woƒe ʋu, si nu nyemebia hlɔ̃ ɖo haɖe o, eye? Yehowa anɔ Zum.
”Eye wòava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta aghɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu. Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem. Adrɔ̃ ʋɔnu na ɖukɔ geɖewo, eye wòatso nya me na anyigba dzi ɖukɔ geɖewo vaseɖe didiƒe ke. Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gohɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o. Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zehaotƒe nue gblɔe,
”Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ. Yehowa ƒe ŋkeke la ŋkɔ le ɖiɖim, eye kãletɔ le aʋaɣii dom sesĩe. Dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbe, aƒedoɖigbe kple nu-gblẽgbee, blukɔ- kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee; lãdzo- kple kpẽkugbe wòanye ava du sesẽwo kple xɔta kɔkɔwo dzi. Mahe xaxa ava amegbetɔwo dzi, ne woanɔ yiyim abe ŋkunɔwo ene, elabena wowɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu; woakɔ woƒe ʋu ɖe anyi abe ke ene, eye woƒe dɔmenuwo adudu ɖe anyi abe mi ene. Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.
”Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.
”Emegbe makɔ nuyi ŋu na dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.
”Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Esusɔ vie ko maʋuʋu dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe; maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matso ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ asu gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye made ŋutifafa teƒe sia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!
”Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna na Yehowa, eye woamã aboyonu le mewò. Maƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem ŋu, ne woawɔ aʋa kplii, woaxɔ ɖua, eye woaha xɔwo, woagblẽ nyɔnuwo, eye ɖu la ƒe afã ayi aboyo me, ke womatsrɔ̃ dukɔ la ƒe susɔe le ɖua me o. Eye Yehowa aho awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe gbesigbe wòwɔ aʋa le aʋakpegbe ene.
”Eƒe afɔ anɔ amito, si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi, eye amito la afe de titina kpla aɖo ta ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe; lo la ƒe afã ado ta anyiehe, eye afã aɖo ta dziehe; bali la me akeke ŋutɔ. Eye miasi ayi nye to la ƒe bali me, elabena to la ƒe balime aɖe Azal ke; miasi, abe alesi miesi le anyigbaʋuʋu nu le Yuda-fia Uriya ŋɔli ene; Yehowa, nye Mawu la, ava eye ame kɔkɔeawo katã akpe ɖeeŋu! Ɣemaɣi la kekeli maganɔ anyi o, ke hoŋ vuvɔ kple tsi babla ko. Ŋkeke ɖeka kolia anɔ anyi, si le nyanya na Yehowa; ŋkeke kple zã manɔ anyi o, eye kekeli anɔ anyi le flẽwɔɣl. Le ɣemaɣi la tsi gbagbe asi atso Yerusalem, eƒe afãaɖotaɣe-dzeƒeƒu la me, eye afã ado fa ɣe-foɖoƒeƒu la me le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.
”Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.
”Anyigba blibo la azu gbadzaƒe tso Geba vaseɖe Rimon le Yerusalem ƒe dziehe. Yerusalem aɖo kpo, eye wòanɔ eteƒe hɔkɔɔ tso Benyamingbo la nu ɖake ɖe agbo tsãtɔ nɔƒe vaseɖe dzogoegbo la nu, tso Xananeel ƒe xɔ tsrala gbɔ vaseɖe fia ƒe ahafiãƒe. Amewo anɔ eme, womagado busu ame azɔ o, eye Yerusalem anɔ anyi bɔkɔɔ. Eye hiãkame, si Yehowa le hehe ge ava dukɔ, siwo katã ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu dzi la, enye si: La aƒaƒã ɖe ŋuti na amesiame, esime wogale tsitrenu ko, ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo. Le ɣemaɣi la Yehowa ade ʋunyaʋunya gã wo dome, ale be amesiame alé ehavi ƒe alɔnu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu. Yuda hã awɔ aʋa kple Yerusalem, eye woaƒo dukɔwo katã godoo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo kpakple avɔwo kpaŋkpaŋ. Eye hiãkame ava sɔwo kple tedzisɔwo, kposɔwo kple tedziwo kpakple lã, siwo katã le asaɖa me la dzi abe hiãkame kemeawo ene.
”Eye ava me be; ɖukɔ siwo kalã ho ana ɖe Yerusalem ŋu ƒe susɔeawo katã ava ƒe sia ƒe, be yewoaɖe la agu na fia Yehowa Zebaot, eye yewoaɖu agbaɖɔŋke-kenyule la. Ke anyigba dzi ƒomeawo ɖometɔ; si meyi Yerusalem, be yeaɖe ta agu na fia Yehowa Zebaot o la, tsi madza nɛ o. Eye ne Egipte-ƒome la meho va o la, ekema tsi madza na woawo hã o. Yehowa ƒe hiãkame ava dukɔ, siwo meva, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie o la dzi. Esia enye tohehe na Egipte kple dukɔ, slwo katã mava, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie la o.
”Ɣemeɣli la woaŋlɔ nu ɖe sɔwole nyawowoe ŋu be „Kɔkɔe na Yehowa“; eye ze, siwo le Yehowa ƒe me la, anɔ abe ʋutre, siwo le vɔsumiekpui ŋgɔ ene. Ze, siwo katã le Yerusalem kple Yuda la ŋu: akɔ na Yehowa Zebaot; vɔsalawo katã ava atsɔ wo aɖa nu le wo me, eye nudzrala ɖeke maganɔ Yehowa Zebaot ƒe me le ɣemaɣi o.
”Amekae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye amekae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene; eye wole abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene. Abɔbɔ nɔ anyi alolo klosalo, eye wòadza eŋu, akɔ Lewi-viwo ŋu, eye wòadza wo ŋu abe sika kple klosalo ene, eye woasa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.
”ke abɔ la enye xexe la me, eye nuku nyui la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo; eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam, eye nuŋeɣi la enye xexeame ƒe nuwuwu, ke nuŋelawo nye mawudɔlawo. Azɔ la sigbe alesi woƒoa gbe wuwluiwo nu ƒu, eye wotɔa dzo wo la, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu. Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, exe woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ. Tete ame dzɔdzɔeawo laklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me Amesi to senu ti nɛ la, nesee.
”Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo; eye esi wòyɔ fũ la, woɖee va gota, eye wobɔbɔ nɔ anyi ƒo nyuiawo nu ƒu ɖe nuwo me, ke wotsɔ vloawo ƒu gbe. Nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu; mawudɔlawo lado go, eye woamã ame vɔ̃ɖiwo tso ame dzɔdzɔewo gbɔ; eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.
”Ke exɔ edzi gblɔ na wo bena: Fiẽsi la miegblɔna bena: Xexeme le kɔkɔ ge; elabena dziƒo bia. Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye woxe lilii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?
”Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu. Vavã mele egblɔm na mi bena, amea ɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖo ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.
”Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.
”Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo va egbɔ wo tɔxe gblɔ bena: Gblɔe na mi, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii? Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o. Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nye enye Kristo; eye woaɖu ame geɖewo. Eye miasa aʋa kple aʋaŋutiɣliwo; kpɔ ɖa, migaɖi vo o, elabena esiawo ava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o. Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo. Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.
”Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti. Ekema woaɖia ame geɖewo nu, eye woade wo nɔewo asi, eye wòalé fu wo nɔewo. Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo. Eye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi. Ke amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lãkpɔ ɖeɖe. Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.
”Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme), ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi; amesi le xɔ ta la, megaɖi va tsɔ naneke tso eƒe me yii o; eye amesi le abɔ me la, megagbugbɔ va tsɔ eƒe avɔ yii o. Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me. Ke miɖo gbe ɖa bena, miaƒe sisigbe nagadze vuvɔŋɔli alo Sabat-ŋkeke dzi o. Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o. Eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.
”Ekema ne amea ɖe agblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, Kristo la le afii, alo ele afii la, migaxɔe se o. Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã. Kpɔ ɖa, megblɔe ɖi na mi. Eyaŋuti ne woagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, ele gbedzi, migayi o; kpɔ ɖa, ele xɔgã me, migaxɔe se o. Elabena alesi dzi kea dzo le ɣedzeƒe, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒee la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. Afisi ke nu kuku le la, afima hawo ƒoa ƒu ɖo.
”Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe. Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.
”Ke misrɔ̃ lododo le gboti ŋuti! Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge; nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo katã la, midze sii bena, egogo agbo la nu. Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã nava ve me o. Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. Ke le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, amea ɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko. Eye sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo no la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe, esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii ta, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.
”Ekema ame eve woano aba me; woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi; nyɔnu eve woanɔ teƒo; woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi. Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o. Ke minya esia bena, ɖe wònye aƒeatɔ anya zã ƒe ŋudzɔɣi, si me fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe bena, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o. Eyaŋuti miawo hã misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.
”Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã? Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewo nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi. Ke ne dɔla vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la tsi anyi, eye woade asi eƒe hadɔtsɔlawo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu kple ahamulawo, dɔla ma ƒe aƒetɔ ava te ŋkeke, si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu: afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.
”Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃. Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo. Elabena abunetɔwo la wotsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o; ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. Eye esi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi la, wo katã wodɔ akɔlɔ̃e, eye wodɔ alɔ. Ke le zãtitina lã ɣli ɖi bena: Kpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna! Miɖo go yi ɖakpee! Tete ɖetugbi kemawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo. Eye abunetɔwo gblɔ na aɖaŋudzelawo bena: Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena miaƒe akaɖiwo le tsitsim. Ke aɖaŋudzelawo xɔ edzi gblɔ bena: O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o, miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui. Ke esi woyi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la. Emegbe la ɖetugbi mamleawo hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋui na mí! Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mí o. Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.
”Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsa gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me.
”Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome! Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ. Mele amama, eye miedo awu nam; nye lãme gblẽ, eye mieva kpam ɖa, mele gaxɔ me, eye mieva gbɔnye. Tete ame dzɔdzɔeawo axɔ edzi ne agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbee míekpɔ bena, da le wuwòm, eye míenyi wò, alo tsikɔ le wuwòm, eye miena tsi wò mahã? Gbekagbe míekpɔ wò nènye amedzro, eye míexɔ wò nèdze mía gbɔ, alo amama, eye míedo awu na wò mahã? Alo gbekagbe míekpɔ bena, wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míeva kpɔ wò ɖa mahã? Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.
”Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me! Elabena da wum, eye miena nuɖuɖum o; tsikɔ wum, eya miena tsim o; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ o; menɔ amama, eye mieɖo awu nam o; nye lãme gblẽ, menɔ gaxɔ me, eye mieva kpɔm ɖa o. Tete woawo hã woaxɔ edzi nɛ agblɔ bena: Aƒetɔ, gbekagbe míekpɔ wò bena, da le wuwòm, alo tsikɔ le wuwòm, alo nènye amedzro, alo nèle amama, alo wò lãme gblẽ, alo nèle gaxɔ me, eye míesubɔ wò o mahã? Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o. Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.
”Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.
”Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Mawu ƒe fiaɖuƒe la wògbɔna kple ŋusẽ.
”Gblɔ ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava la, na mí, eye nuka lanye dzesi na ɣeyiɣi, si me nusiawo katã lawu nu mahã? Eye Yesu de asi gbɔgbɔ me na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o. Ame geɖewo ava le nye ŋkɔa dzi agblɔ bena: Nyee nye si! Eye woaflu ame geɖewo. Ke ne miase aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo la, migaɖi vo o, ele be, esia nava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o. Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋuwo lava teƒeteƒewo, eye dɔwuame lava; nusiawo nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.
”Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Eye ele be, woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã. Eye ne wokplɔ mi de asi la, migatsi dzimaɖi da ɖi ɖe nusi gblɔ ge miala ŋuti o; ke boŋ nusi woana mi le gaƒoƒo ma dzi la, eya miagblɔ; elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae. Eye nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade via asi, eye ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawui. Eye amewo katã wòalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.
”Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi; ke amesi le xɔta la, nagaɖi va anyi alo wòayi aɖatsɔ nane atso eƒe xɔ me o; eye amesi le abɔ me la, nagatrɔ ava tsɔ eƒe avɔ ayii o. Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me! Ke mido gbe ɖa bena, miaƒe sisi nagadze vuvɔŋɔli dzi o. Elabena ŋkeke mawo lanye xaxa, si tɔgbe meva kpɔ tso nuwɔwɔ, si Mawu wɔ la, ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o. Eye ne menye bena, ɖe Aƒetɔ la ɖe ŋkekeawo dzi o la, ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; gake le ame tiatia, siwo wotia ŋuti la, eɖe ŋkekeawo dzi.
”Eye le ɣemaɣi me, ne amea ɖe lagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, Kristo la le afii alo kpɔ da, ele afime la, migaxɔe se oa. Ke aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo latsi tre, eye woawɔ dzesi wo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, ne woaflu ame tiatiawo hã. Ke miawo la mikpɔ nyuie! Kpɔ ɖa, megblɔ nuwo katã ɖi na mi!
”Ke le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o; ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe. Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe.
”Ke misrɔ̃ lododo la le gboti la ŋuti: Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge; nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, egogo agbo la nu. Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã, nava ve me o. Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. Ke le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la amea ɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko. Mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ; elabena mienya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o. Ele abe amea ɖe, si yi nugbe, egblẽ eƒe aƒe eɖi, eye wòna ŋusẽ eƒe dɔlawo, amesiame xɔ eƒe dɔwɔwɔ, eye wòde se na xɔnuvi la bena, wòanɔ ŋudzɔ la ene. Azɔ la minɔ ŋudzɔ. Elabena mienya ɣekaɣi dzi Aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zã titina alo koklo kuatɔ alo ŋdi o, bena ne eƒe vava ɖi ɖe mi la, ne megakpɔ mi le alɔ̃ me o. Ke nusi gblɔm mele na mi la, mele egblɔm na amewo katã bena: Minɔ ŋudzɔ!
”Eye Yesu gblɔ bena: Nyee! Eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo.
”Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me. Ke mele egblɔm na mi nyateƒelɔe bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia dome, esiwo mele ku ɖɔ ge akpɔ, vaseɖe esime woakpɔ mawufiaɖuƒe la o.
”Mina miaƒe aliwo dzi nanɔ babla, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim; eye miawo la miɖi amesiwo le mɔ kpɔm na woƒe aƒetɔ bena, ne adzo le srɔ̃ɖeƒe, eye wòava aƒo nɔa la, ne woaʋui nɛ enumake. Woayra dɔla ma, siwo, ne aƒetɔ la va la, akpɔ wo le ŋudzɔ; vavã mele egblɔm na mi bena: Asa avɔ ɖe ali, eye wòana be, woanɔ kplɔ ŋuti, eye wòatsa wo dzi asubɔ wo. Eye ne ava le ŋudzɔɣi evelia kple etɔ̃lia me, eye wòakpɔ wo nenema la, woayra woamawo. Ke minya esia bena, ne aƒeatɔ anya gaƒoƒo, si dzi fiafitɔ ava la, anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe be, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o. Eyaŋuti miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si miele mɔ kpɔm ne o la dzi.
”Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ va la, akpɔe be, èwɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi. Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha; dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si mele mɔ kpɔm ne o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafee ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu. Eye dɔla ma, si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, eye medzrae do alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, woaƒoe geɖe;
”Eye egblɔ na amehawo hã bena: Ne miekpɔ alilikpo le ɖoɖom le ɣetoɖoƒe la, enumake miegblɔna bena: Tsi gbɔna, eye wòva vea me nenema. Eye ne dzieheya le ƒoƒom la, miegblɔna bena: Xexeme le dzo xɔ ge, eye wòva vea me. Alakpatɔwo! Mienya alesi miaɖo anyigba kple dziƒo ƒe ŋku me akpɔ: ke aleke wɔ, bena mienya alesi míado ɣeyiɣi sia akpɔ o mahã?
”Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Ŋkekewo gbɔna, le esi me miadi be, míakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, eye míakpɔe o. Eye woagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, afimee, kpɔ ɖa, afii! Migayi o, eye migadze wo yome o! Elabena alesi dzikedzo, ne eke dzo le dziƒo ƒe go ɖeka me, wòklẽna de dziƒo ƒe go keme dzii la, nenema Amegbetɔvi la lanɔ le eƒe ŋkeke la dzi.
”Gake ele nɛ gbã be, wòakpe fu geɖe, eye dzidzime sia lado vloe. Eve alesi wòva ve me le Noa ƒe ŋkekeawo mee la, nenema wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo hã me. Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole srɔ̃ɖeɖe dzi, eye wole wo tsɔm na, be woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi de aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va, eye wotsrɔ̃ wo katã. Alesi ke wòva ve me le Lot ƒe ŋkekeawo me: Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole nuƒeƒle dzi, wole nudzadzra dzi, wole nukuwo dodo dzi, wole xɔtutu dzi; ke le ŋkeke, si dzi Lot do go tso Sodom la, dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wotsrɔ̃ wo katã: nenema ke wòanɔ le ŋkeke, si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.
”Le ŋkeke ma dzi la amesi lanɔ xɔta, eye eƒe nuwo le xɔ me la, magaɖi be, wòatsɔ wo ayii o, eye nenema ke amesi le agble mè la, megagbugbɔ de nusiwo le emegbe la ŋuti o? Mido ŋku Lot srɔ̃ dzi! Amesi ke le didim be, yeaɖe yeƒe agbe la, abui, eye amesi ke labui la, agaxɔe agbagbee.
”Mele egblɔm na mi bena: Le zã ma me la ame eve woanɔ aba ɖeka dzi, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ekeme ɖi. Nyɔnu eve lanɔ teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ekeme ɖi. Ame eve lanɔ abɔ me, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ekeme ɖi. Eye woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Afikae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ na wo bena: Afisi nu kuku le la, afima hɔ̃wo ƒoa ƒu ɖo.
”Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã? Mele egblɔm na mi bena: Aɖe wo kaba. Gake ne Amegbetɔvi la va la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba la dzi mahã?
”Tete wògblɔ na wo bena: Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo, eye ŋɔdzidonuwo kple dzesi gãwo latso dziƒo.
”Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti. Esia ava mia dzi hena ɖaseɖiɖi. Azɔ la miɖo le miaƒe dzi me be, miagasusu gbã alesi miaɖe mia ɖokui nu o; elabena nye la mana nu kple nunya mi, si ŋuti miaƒe ketɔwo katã mate ŋu atsi tre alo aƒo nu ɖo o. Gake dzilawo kple nɔviŋutsuwo kple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ade mi asi, eye woawu mia dometɔa ɖewo. Eye amewo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ la ŋuti. Eye miaƒe taɖa ɖeka mele tsɔtsrɔ̃ ge o. Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.
”Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vo. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesi wo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o. Elabena ŋkeke siawo nye hlɔ̃biabiaŋkekewo, bena woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi la nu. Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me; elabena hiãkame gã lava anyigba la dzi kple dɔmedzoe na dukɔ sia. Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.
”Eye dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawo dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti; eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le vovɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la katã dzi vam la ŋuti; elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo. Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le alilikpo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe. Ke ne nusiawo ɖe asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.
”Eye wòdo lo na wo gblɔ bena: Mikpɔ gboti la kple atiwo katã ɖa: ne woto aŋgbawo la, míakpɔe adze sii le mia ɖokui si bena, dzomeŋɔli le ɖoɖom. Nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, mawufiaɖuƒe la gogo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, vaseɖe esime woawu nusiawo katã nu. Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o. Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; elabena adze amesiwo katã nɔ anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi. Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.
”Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe. Elabena sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me: eye wòna ŋusẽe, be woadrɔ̃ ʋɔnu hã, elabena Amegbetɔvi wònye. Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, wòase eƒe gbe: eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.
”Fofonye ƒe me la nɔƒe geɖewo li; ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi; elabena meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi. Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.
”Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me. Eye esime wole dziƒo kpɔm gã le eƒe yiyi me la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre ɖe wo gbɔ le awu ɣi me, amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.
”Elabena mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mia ŋuti la o. Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam.
”Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“
”Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã!
”Ke ne amea ɖe tso sika, klosalo, kpe xɔasiwo, atiwo, gbe, alo ahɔ̃liti tui ɖe gɔmeɖoɖoanyi sia dzi la, ekema amesiame ƒe dɔwɔwɔ adze ƒã, elabena ŋkeke la aɖee ɖe go afia, elabena woaɖee ɖe go afia to dzo me, eye alesialesi ke amesiame ƒe dɔwɔwɔ le la, dzo la adoe akpa. Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe edzi la, tsi anyi la, axa fetu. Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ afiã la, abui, ke woaxɔ eya ŋutɔ, gake abe amesi to dzo me ene.
”Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.
”bene miatsɔ ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi. Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?
”Ke mele esia gblɔm, nɔviwo, bena ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o, eye gbegblẽ mate ŋu anyi magblẽmagblẽ ƒe dome o. Mikpɔ ɖa, mele nya ɣaɣla gblɔm na mi: Mí katã miele alɔ̃ dɔ ge o; gake woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme, kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ miaƒe nɔnɔme.
”bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.
”Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.
”eye míalala Via tso dziƒo, amesi wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, Yesu, si ɖe mí tso dziku, si gbɔna la me.
”Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o. Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii. Elabena míele esia gblɔm na mi le Aƒetɔ la ƒe nyaa de me bena, mí amesiwo susɔ le agbe yiɖase ɖe Aƒetɔ la ƒe vavagbe la, miadze ŋgɔ na amesiwo dɔ alɔ̃ la o.
”Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã; emegbe la mi amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.
”Ke le ɣeyiɣiwo kple azãgbewo ŋuti la, nɔviwo, mehiã mi be, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o; elabena mia ŋutɔwo mienyae kɔte bena, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene. Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o. Ke miawo, nɔviwo, miele viviti me, bena ŋkeke la naɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene o;
”Elabena Mawu meɖo mí na dziku o, ke boŋ, bena xɔxɔ nasu mía si to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi ku ɖe mía ta, bena ne míele ŋu alo míele alɔ̃ me la, míanɔ agbe kpakplii,
”ale bena mia ŋutɔwo míeƒoa adegbe le mia ta le Mawu ƒe hameawo me le miaƒe dzidodo kple miaƒe xɔse, si le mia si le miaƒe yometitiwo kple xaxa, siwo miekpɔna me la ŋuti; nusiwo nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi bena, wobu mi be, miedze Mawu ƒe fiaɖuƒe, si ŋuti míekpe fu ɖo la, ne ele ale bena, edzo le Mawu ƒe ŋku me bena, wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo na xaxa mi; eye mi amesiwo kpo xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me le dzo ƒe aɖe me, esime woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyuie la o, amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ, ne ava, bena wòakpɔ ŋutikɔkɔe le eƒe ame kɔkɔewo me, eye woawo nuku na amewo le dzixɔsetɔwo katã ŋuti le ŋkeke ma dzi; elabena miexɔ míaƒe ɖaseɖiɖi dzi se.
”Ke míele kuku dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple mia ƒuƒoƒo de eyama gbã la ŋuti, bene miagana woate mi ɖa kaba tso miaƒe tamesusu me o, eye miagana woado voɖi na mi hã o, eɖanye to gbɔgbɔ alo to nya me o alo to agbalẽ, si le abe mía gbɔ wòtso ene la me o, abe ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ɖo va ene. Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go, amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.
”Alo ɖe mieɖo ŋku edzi bena, esime megale mia gbɔ la, megblɔ nusiawo na mi oa? Eye azɔ la mienya nusi xea mo nɛ, bena woaɖee ɖe go le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi. Elabena sedzimawɔmawɔ ƒe nya ɣaɣla la le da wɔm ŋusẽtɔe xoxo; ɖeko wòle be, woaɖe amesi le ma xem vaseɖe fifi la da le mo la dzi hafi; eye tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe vava ƒe ɖeɖefia la me. Ame ma ƒe vava lanye le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔm la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lolo, bene woaxɔ wo o. Eye le esia ta Mawu adɔ beble, si nu sẽ la, aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase, bene woadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã mexa nyateƒe dzi se o, ke boŋ madzɔmadzɔnyenye dze wo ŋu.
”be, nalé sedede sia ɖe asi kpɔtsotso kple mokaka manɔŋui yiɖase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la dzi, esi dziɖula yayratɔ ɖeka, fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi, amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.
”Ke nya esia bena, le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!
”Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me: Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me. Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ. Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.
”Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.
”eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam,
”Aƒetɔ, wòe ɖo anyigba gɔme anyi le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔwo. Woamawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi ɖaa: eye wo katã anyunyɔ abe avɔ ene, eye aɖo li wo woaɖɔ abe awu ene; gake wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewo nu metsona o.
”Eyata ele vevie bena, woatsɔ nusiawo akɔ nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu la ŋuti; ke dziƒonuawo ŋutɔ la wotsɔ vɔsasa, siwo nyo wu esiawo la, ko wo ŋuti. Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta; eye menye bena, wòatsɔ eɖokui ano nanam agbadre, abe alesi nunɔlagã tsɔa lãʋu yina ɖe kɔkɔeƒe la me ƒe sia ƒe ene o; ɖe wònye nenema wòle la, ekem ele nɛ be, wòakpe fu agbadre tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke; gake azɔ la eɖe eɖokui fia zi ɖeka le xexeame ƒe nuwuwu, bena wòaɖe nuvɔ̃wo ɖa to eɖokuitsɔtsɔ savɔe me. Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la, nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.
”eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.
”Nyɔnuwo xɔ woƒe ame kukuwo agbagbe le tsitretsitsi me. Ke wowɔ tu ame bubuwo, eye wogbe xɔxɔ, bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu;
”Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti! Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋuiwo ɖu miaƒe awuwo. Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle atrɔ zu ɖaseɖiɖi na mi, eye woaɖu miaƒe lãme keŋ abe dzo ene. Mieƒo nu nyuiwo nu ƒu le nuwuwu ŋkekeawo me.
”Eyaŋuti migba dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ. Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.
”Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me. Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu; nusiawo na tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wotsrɔ̃. Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
”Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene. Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.
”Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ. Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie, le esime woalólo dziƒo le dzo me, eye gɔmedzenuwo hã lalólo le dzoxɔxɔ gã me mahã? Ke miele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.
”Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me. Viwo, ɣeyiɣi mamletɔe, eye abe alesi miese be, Kristo ƒe futɔ la gbɔna ene la, nenema ke Kristo ƒe futɔ geɖewo tsi tre azɔ: eya me míedze sii le bena, ɣeyiɣi mamletɔ lae. Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.
”Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame. Esia me míedze si Mawu ƒe Gbɔgbɔ le: Gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si ʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me la, etso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ, si meʋua Yesu me o la, metso Mawu gbɔ o; eye esia nye Kristo ƒe futɔ la ƒe gbɔgbɔ, si ŋkɔ miese bena, egbɔna, eye azɔ la ele xexeame xoxo. Viwo, miawo la Mawu me mietso, eye mieɖu wo dzi; elabena amesi le mia me la, etri akɔ wu amesi le xexeame. Woawo la xexeame wotso, eyata woƒoa xexeame ƒe nu, eye xexeame ɖoa to wo. Míawo la Mawu me mietso, eye amesi dze si Mawu la, ɖoa to mi; amesi metso Mawu me o la, meɖoa to mi o. Esia me míedze si nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ le.
”Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la. Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si. Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.
”Ke Henox hã, amesi nye adrelia tso Adam dzi la, gblɔ nya ɖi ɖe ame mawo ŋuti bena: „Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna, bene wòaɖrɔ ʋɔnu wo katã, eye woaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔ̃a Mawu o la, le woƒe dɔwɔwɔ vlo, siwo katã wowɔ mawumavɔ̃mavɔ̃e kple nya sesẽ, siwo katã nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ ɖe eŋuti la ta.
”Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,
”Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.
”Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me. Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o. Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.
”Menya wò dɔwɔwɔwo bena, mefa hã o, mèdze dzo hã o. Ɖe medi be, ɖewo nafa alo nadze dzo. Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me. Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o. Mele aɖaŋu ɖom na wòbe, naƒle sika, si wòlólo le dzo me la, le asinye, be nazu kesinɔtɔ, kple avɔ ɣi, be natsyɔ, ne wò ŋukpeƒe nagadze o, kpakple ŋkutike, be nasi ɖe wò ŋkuwo, be nakpɔ nu. Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?
”Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.
”Eye mekpɔ agbalẽ, si woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo katã, eye wotre enu kple nutrenu adre la, le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, ƒe nuɖusi me. Eye mekpɔ mawudɔla sesẽa ɖe le gbe ƒã ɖem kple gbe gã bena: Amekae dze be, wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenuawo ɖa? Eye amea ɖeke menɔ dziƒo alo anyigba dzi alo anyigba te, si te ŋu ʋu agbalẽ la alo te ŋu kpɔ eme hã o. Eye mefa avi ʋuu, elabena womekpɔ amea ɖeke, si dze be, wòaʋu agbalẽ la alo wòakpɔ eme hã o. Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa. Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne. Eye wòva, eye wòxɔ agbalẽ la le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe nuɖusi me. Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si. Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu, eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi.
”Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo, wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu! Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.
”Eye esime alẽvi la ɖe nutrenuawo ƒe ɖeka ɖa la, mekpe, eye mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka le gbɔgblɔm abe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi ene bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye amesi ɖoe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.
”Eye esime wòɖe nutrenu evelia ɖa la, mese nu gbagbe evelia le gbɔgblɔm bena: Va! Eye so bubua ɖe, si le dzie la, do go, eye amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotso yi gã ɖe asi nɛ.
”Eye esime wòɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia le gbɔgblɔm bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ yibɔa ɖe, eye amesi ɖoe la, lé nudanu ɖe asi. Eye mese gbea ɖe, abe nu gbagbe eneawo dome wòɖi le ene hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxa denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃a ɖeke ami kple wein o.
”Eye esime wòɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia ƒe gbe wòle gbɔgblɔm bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.
”Eye esime wòɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ amesiwo wowu le Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi, si wolé ɖe asi ŋuti la, ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui la te; eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã? Eye wona lawu ʋlaya ɣi wo dome amesiame, eye wogblɔ na wo bena, woadzudzɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe, yiɖase esime woƒe hadɔlawo kple wo nuvi, siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la, hã ƒe xexlẽme nu nade.
”Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene. Eye dziƒoɣletiviwo ge ɖe anyigba abe alesi gboti dudua eƒe tsetse gbogbowo ɖe anyigba, ne ya sesẽa ɖe le ʋuʋum la ene. Eye woŋlɔ dziƒo ɖa abe agbalẽ ŋɔŋlɔ ene, eye woɖe to sia to kple ƒukpo sia ƒukpo ɖa le wo teƒe. Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me; eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mia dzi, eye miɣla mi tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso alẽvi la ƒe dziku la nu; elabena eƒe dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?
”Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o. Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena: Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.
”Eye mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme — wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu le Israel-viwo ƒe toawo katã me: Le Yuda ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Ruben ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Gad ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Aser ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Naftali ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Manase ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Simeon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu: le Lewi ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Isaxar ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Zebulon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Yosef ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Benyamin ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu.
”Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi, eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ! Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena: Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. Eye amegã xoxoawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ nam bena: Amekawoe nye esiawo do awu ʋlaya ɣiwo, eye afika wotso mahã? Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me. Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome. Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo du ge o; elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.
”Eye esime wòɖe nutrenu adrelia ɖa la, ɖoɖoe zi le dziƒo anɔ gaƒoƒo afã. Eye mekpɔ mawudɔla adre, siwo le tsitre ɖe Mawu ƒe ŋku me la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo. Eye mawudɔla bubu va, eye wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye sikadzudzɔdosonu le esi, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ, bene wòatsɔe akpe ɖe ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo ŋuti ada ɖe sikavɔsamlekpui, si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi. Eye atike ʋeʋẽe la ƒe dzudzɔ kple ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo tu tso mawudɔla ƒe asi me yi dziƒo le Mawu ƒe ŋku me. Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme tu, eye wòtsɔe ƒu gbe de anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ. Eye mawudɔla adre, siwo lé kpẽ adre ɖe asi la, dzra wo ɖokui ɖo hena kpẽkuku.
”Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã.
”Eye mawudɔla evelia ku kpẽ la, eye wotsɔ nane, si le abe to gãa ɖe ene hele bibim kple dzo la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye ƒu ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu ʋu; eye nu gbagbe, siwo le atsiaƒu me la, ƒe akpa etɔ̃lia ku, eye nuwo ƒe akpa etɔ̃lia gbã.
”Eye mawudɔla etɔ̃lia ku kpẽ la, eye ɣletivi gãa ɖe, si le bibim abe kakati ene la, ge tso dziƒo, eye wòdze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsi dzidziwo dzi. Eye ɣletivi ma ƒe ŋkɔe nye Apsinto (enye gbe, si vena abe atsa ene), eye tɔwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve, eye amewo dome geɖeawo ku le tsiawo ta, le esi wole vevem akpa la ŋuti.
”Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke. Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃a ɖe, si le dzodzom lé dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gãa ɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinuwo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.
”Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpe ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotso aʋli me vudo ƒe safui nɛ. Eye woʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ lu tso vudo la me abe kpodzo gãa ɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti. Eye ʋetsuviwo do go tso dzudzɔ la me ɖe anyigba la dzi, eye wona ŋusẽ wo, abe alesi ŋusẽ le anyigba dzi dziɖegbewo ŋu ene. Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko. Eye wona ŋusẽ wo be, woagawu wo o, ke boŋ bene woawo fu wo ɣleti atɔ̃ sɔŋ; eye woƒe fuwɔwɔ la le abe dziɖegbe ƒe ametete ƒe fuwɔame ene. Eye le ŋkeke mawo me la amewo aɖi ku, eye womele ekpɔ ge o, eye woadi vevie be, yewoaku, eye ku asi le wo gbɔ. Eye ʋetsuviawo ƒe nɔnɔme le abe sɔ, siwo wodzra ɖo hena aʋawɔwɔ ene, eye nane le woƒe ta abe fiakuku, siwo ɖi sika ene, eye woƒe mo le abe amewo ƒe mo ene. Eye taɖa li na wo abe nyɔnuwo ƒe taɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo ƒe aɖuwo ene. Eye akɔtakpoxɔnu le wo si abe gakɔtakpoxɔnu ene, eye woƒe aʋalawo me ƒe ɖiɖi le abe tasiaɖam kple so geɖe, siwo le du sim yina aʋa la ƒe ɖiɖi ene. Eye asike le wo gɔme abe dziɖegbewo ene, eye ti le wo nu, eye woƒe ŋusẽ le woƒe asikewo me, be woawɔ vɔ̃ amewo ɣleti atɔ̃ sɔŋ. Eye fiãa ɖe, si nye aʋli me dɔla la, ɖu wo dzi, eye woyɔ eŋkɔ le Hebri-gbe me be Abadon, eye woyɔnɛ le Hela-gbe me be Apolion (gblẽla). Vɔ̃ ɖeka nu va yi; kpo ɖa, vɔ̃ eve gale megbe gbɔna.
”Eye mawudɔla adelia ku kpẽ la, eye mese gbea ɖe ɖi tso sikavɔsamlekpui, si le Mawu ŋku me la, ƒe dzo eneawo gbɔ, le gbɔgblɔm na mawudɔla adelia, si lé kpẽ la ɖe asi la bena: Tu dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to. Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia. Eye sɔdolawo ƒe aʋakɔ ƒe xexlẽme le akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve; mese woƒe xexlẽme. Eye ale mekpɔ sɔwo kple amesiwo do wo la, le ŋutega me: Wodo akɔtakpoxɔnu, siwo ɖi dzo, kple akɔtakpoxɔnu yibɔwo kpakple akɔtakpoxɔnu dzewo, eye sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene, eye dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe do go tso woƒe nu me. Eye wowu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le fuwɔame etɔ̃ siawo me, le dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe, si do go tso woƒe nu me la ŋuti. Elabena sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nu kple woƒe asikewo me; elabena woƒe asikewo le abe dawo ene, eye ta le wo nu wotsɔna wɔa vɔ̃e. Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o. Eye wometrɔ tso woƒe hlɔ̃dodowo kple woƒe afakakawo kple woƒe ahasiwɔwɔwo kpakple woƒe fififiwo me o.
”Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubua ɖe le ɖiɖim tso dziƒo le alilikpo me, eye anyieʋɔ le eƒe ta me, eye eƒe ŋku me le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene, eye agbalẽvi, si woʋu la, de esi, eye wotsɔ eƒe nuɖusifɔ da ɖe atsiaƒu dzi, eye wotsɔ eƒe miãfɔ da ɖe anyigba dzi, eye wòdo ɣli kple gbe gãa ɖe, abe alesi dzata ɖea gbe ene, eye esime wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go. Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye megaŋlɔ wo o. Eye mawudɔla, si mekpɔ wòle tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la, do eƒe nuɖusi ɖe dziƒo, eye wòta amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, amesi wɔ dziƒo kple nusiwo le eme kple anyigba kple nusiwo le edzi kpakple atsiaƒu kple nusiwo le eme la, bena ɣeyiɣia ɖeke naganɔ anyi o, ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime woaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu le nyanyuie, si wogblɔ fia eƒe dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo la nu.
”Eye gbe, si mese tso dziƒo la, gaƒo nu kplim, eye wògblɔ bena: Yi naɖaxɔ agbalẽvi, si le ʋuʋu le mawudɔla, si le tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la si. Eye meyi mawudɔla la gbɔ yi ɖagblɔ nɛ be, wòatsɔ agbalẽvi la nam. Eye wògblɔ nam bena: Xɔe, eye namii, eye wòaɖu dɔme na wò, ke wòavivi le wò nu me abe anyitsi ene. Eye mexɔ agbalẽvi fa le mawudɔla la si, eye memii, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene, eye enumake esi meɖui la, eɖu dɔme nam. Eye wogblɔ nam bena: Ele na wò be, nagagblɔ nya ɖi le dukɔwo kple trɔ̃subɔlawo kple gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.
”Eye wotsɔ ayeti, si le abe atitɔɖeŋu ene la, de asi nam hegblɔ bena: Tsi tre, eye nadzidze mawuxɔ la kple mlekpui la kpakple amesiwo doa gbe ɖa le eme la. Eye naɖe xɔxɔnu, si le gbedoxɔa ŋu la, le eme, eye megadzidzee o; elabena wotsɔe na trɔ̃subɔlawo, eye woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blane vo eve sɔŋ. Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me. Amesiawo nye amiti eve kple akaɖiti eve, siwo le tsitre ɖe anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋku me la. Eye ne amea ɖe ɖi be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke. Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.
”Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si ɖo tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo. Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le. Eye dukɔwo ƒe ƒomeawo kple gbegbɔgblɔwo kpakple trɔ̃subɔlawo dometɔa ɖewo lakpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womaɖe mɔ be, woaɖi woƒe ŋutilã kukuawo o. Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.
”Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi. Eye wose gbe gãa ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm na wo bena: Miva dziƒo afii! Eye woyi dziƒo le alilikpo me, eye woƒe futɔwo kpɔ wo ɖa. Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la. Vɔ̃ evelia nu va yi, kpɔ ɖa, vɔ̃ etɔ̃lia gbɔna kaba.
”Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nenɔ anyi; elabena exɔ wò ŋusẽ gã, eye neɖu fia. Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la. Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.
”Eye wokpɔ dzesi gãa ɖe le dziƒo: Nyɔnua ele do ɣe, eye ɣleti le eƒe afɔ te, eye ɣleti wuieve ƒe fiakuku le eta, eye fu le eƒo, eye wòle ɣli dom le fuɖuame ŋuti, eye vidzidzi nye do nɛ. Eye wokpɔ dzesi bubua ɖe le dziƒo, eye kpɔ ɖa, ʋɔ driba dzi gãa ɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye fiakuku adre le eƒe tawo. Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami. Eye wòdzi ŋutsuvi, si latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã; eye wotsɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ. Eye nyɔnu la si yi gbedzi, afisi Mawu dzra teƒea ɖe ɖo ɖi nɛ le, bena woanyii le afima ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.
”Eye aʋa dzo le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti. Eye mese gbe gãa ɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mia nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe. Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me. Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ, elabena ènyae be, vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.
”Eye esime ʋɔ driba la kpɔ bena, wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu, si dzi ŋutsuvi la yome. Eye wotsɔ hɔ̃ gãa ɖe ƒe aʋala eve na nyɔnu la, bena wòadzo ayi gbedzi ayi ɖe teƒe, afisi woanyii le ɣeyiɣia ɖe kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã tso da la ƒe ŋku me. Eye da la tu tsi tso eƒe nu me ɖe nyɔnua yome abe tɔsisi ene, bene tɔsisi la nalée ayii. Ke anyigba xɔ na nyɔnua, eye anyigba ke nu, eye wono tɔsisi, si ʋɔ driba la tu tso eƒe nu me la. Eye dzi ku ŋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo ɖea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.
”Eye metsi tre ɖe ƒutake la dzi, eye mekpɔ lãa ɖe le ɖoɖom tso atsiaƒu me, eye dzo ewo kple ta adre li nɛ, eye fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe tawo ŋu. Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ. Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka le abe kubi wode eŋu ene, eye wowɔ eƒe kubi la ne wòku; eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa le lã la yome. Eye wode ta agu na nɔ driba la; elabena etsɔ eƒe ŋusẽ na lã la, eye wode ta agu na lã la le gbɔgblɔm bena: Amekae le abe lã la ene, eye amekae ate ŋu awɔ aʋa kplii mahã? Eye wotsɔ nu, si gblɔa nya gãwo kple busunyawo la nɛ, eye wotsɔ ŋusẽ nɛ, be wòanɔ dɔ dzi ɣleti blane vɔ eve Eye wòke nu de asi busunyagbɔgblɔ me de Mawu ŋuti, be yeado busu eƒe ŋkɔ kple eƒe agbadɔ kpakple amesiwo nɔa dziƒo.
”Eye wona ŋusẽe, be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye ne wòaɖu wo dzi, eye wona ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple trɔ̃subɔlawo katã dzi. Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe. Amesi to li na la, nesee! Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.
”Eye mekpɔ lã bubua ɖe le ɖoɖom tso anyigba me, eye dzo eve li nɛ abe alẽvi tɔ ene, eye wòƒo nu abe ʋɔ driba la ene. Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la. Eye wòwɔ dzesi gãwo bena, wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me. Eye woble anyigbadzinɔlawo de dzesi, si wotsɔ nɛ, be wòawɔ le lã la ƒe ŋku me la ŋuti hele gbɔgblɔm na anyigbadzinɔlawo bena, woawɔ legba de lã, si ŋu wode abii kple yi, eye wòle agbe la ƒe nɔnɔme me nɛ. Eye wona ŋusẽe, be wòatsɔ gbɔgbɔ na lã la ƒe legba, bena lã la ƒe legba naƒo nu hã, eye wòawɔ bena, woawu ame geɖe, alesi nu medze klo subɔ lã la ƒe legba o.
”Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu, bena amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko. Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.
”Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu. Eye mese gbea ɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si mese la, le abe saŋkuƒola, siwo le woƒe saŋkuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene. Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe. Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la. Eye womekpɔ aʋatsokakaa ɖeke le woƒe nu me o; elabena wonye mokaka manɔŋutɔwo.
”Eye mekpɔ mawudɔla bubua de le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyuie mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinuwo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo. Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.
”Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me. Eye woƒe fu wowɔ ƒe dzudzu la tu le dziƒo yim tso mava me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o. Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le.
”Eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Ŋlɔ bena: Woayra ame kuku, siwo ku le Aƒetɔ la me tso esia dzi heyina: ẽ, Gbɔgbɔ la gblɔ bena, woadzudzɔ wo dokui tso woƒe agbagbadzedzewo me, elabena woƒe dɔwɔwɔwo dze wo yome.
”Eye kpo da, mekpɔ alilikpo yia ɖe, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi abe amegbetɔvi ene, eye sikafiakuku le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛa ɖe le esi. Eye mawudɔla bubua ɖe do tso gbedoxɔ me le ɣli dom kple gbe gã do de amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la bena: Do wò hɛ gobɛ la ɖa, ne naya nu; elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba dzi nuwo ɖi! Eye amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la, do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòya anyigba dzi nuwo.
”Eye mawudɔla bubua ɖe do tso gbedoxɔ, si le dziƒo la me, eye eya hã lé hɛ gobɛ ɖaɖɛa de de asi. Eye mawudɔla bubua ɖe, si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la, do tso vɔsamlekpui la me, eye wòdo ɣli kple gbe gãa de do de amesi lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi la bena: Do wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la da, ne nala anyigba dzi weinka ƒe kpowo; elabena eƒe kutsetseawo di! Eye mawudɔla la do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòtso anyigba dzi weinka ƒe kutsetseawo, eye wòtsɔ wo da ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe weinfiãnu gã la me. Eye wofanya weintsetseawo kple afɔ le dua godo, eye ʋu do le weinfiãnu la me le ɖɔɖɔm vaseɖe keke sɔwo ƒe numega ŋuti ke, eye wòde stadio akpe ɖeka kple alafa ade.
”Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.
”Eye mekpɔ atsiaƒu wòle abe ahũhɔ̃e, si me bia hẽ abe dzo ene la ene; eye amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la, le tsitre de atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e la nu, eye Mawu ƒe saŋkuwo le wo si. Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.
”Eye esia megbe la mekpe, eye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ƒe gbedoxɔ le ʋuʋu le dziƒo; eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotso sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo. Eye nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adre, siwo Mawu, si le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ la, na mawudɔla adreawo. Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu.
”Eye mese gbe gãa ɖe tso gbedoxɔa me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena: Miheyi, ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo akɔ ɖe anyigba dzi.
”Eye gbãtɔa yi, eye wòtrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye ƒoƒoe vɔ̃, si vena ŋutɔ la, ƒo amesiwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple amesiwo de ta agu na eƒe legba la.
”Eye mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu abe ame kukua de ƒe ʋu ene, eye nu gbagbe sia nu gbagbe, si le ƒua me la ku.
”Eye mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye wotrɔ zu ʋu. Eye mese tsiawo ƒe mawudɔla le gbɔgblɔm bena: Wò amesi li, eye nènɔ anyi, wò kɔkɔetɔ la, wòe nye dzɔdzɔetɔ, le esi nèdrɔ̃a ʋɔnu ale la ŋuti; elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema. Eye mese vɔsamlekpui la le gbɔgblɔm bena: Ẽ, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, nyateƒe kple dzɔdzɔe nye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo.
”Eye mawudɔla enelia tra eƒe kplu la ka ɖe ɣe dzi, eye wona ŋusẽe be, woatso dzo afiã amewo. Eye dzoxɔxɔ gã ŋuta ɖu amewo, eye wode busu Mawuƒe ŋkɔ, si kpo ŋusẽ ɖe fuwɔame siawo dzi, eye wometrɔ le woƒe dzi me, bene woatsɔ kafukafu nɛ o.
”Eye mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã la ƒe zikpui dzi, eye eƒe fiaduƒe do viviti, eye woɖu ade le fukpekpe la ta, eye wodo busu dziƒo Mawu la le woƒe fukpekpe kple woƒe ƒoƒoeawo ta, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔnawo me o.
”Eye mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat-tɔsisi gã la dzi, eye eme tsi la mie, bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.
”Eye mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃, siwo le abe akpɔkplɔwo ene la, do go tso ʋɔ driba la kple lã la kpakple aʋatsonyagblɔɖila ƒe nu me: elabena wonye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ, siwo nɔa dzesiwo wɔm, eye wonɔa xexeame katã ƒe fiawo gbɔ yim, bena woaƒo wo nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ. Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o. Eye woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.
”Eye mawudɔla adrelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe ya me, eye gbe gãa ɖe ɖi tso gbeɖoxɔa me tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Wowɔe vɔ! Eye dzikedzowo kple gbeɖidiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu gãa ɖe, si tɔgbe meva kpɔ, tso esime amewo le anyigba dzi o la, va dzɔ, ale anyigbaʋuʋu gã ŋutɔ sia tɔgbe va dzɔ. Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano. Eye ƒukpowo katã si, eye womegakpɔ towo o. Eye tsikpe gã, siwo ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka la, dza tso dziƒo hlẽ ɖe amewo dzi, eye amewo do busu Mawu le tsikpeawo ƒe fuwɔame la ŋuti; elabena woƒe fuwɔame la nu sẽ ŋuta.
”Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka ƒo nu kplim gblɔ bena: Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ na tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò; amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la, Eye wòkplɔm heyi gbedzi le gbɔgbɔ me, eye mekpe nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ lã dzẽa de, si ta adre kple dzo ewo li na, eye busuŋkɔwo le eŋuti fũ la dzi. Eye nyɔnu la do aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwɔ leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo, eye sikakplu, si me yɔ fũ kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye la, le esi. Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada. Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ. Eye mawudɔla la gblɔ nam bena: Nukaŋuti wò mo wɔ yaa ɖo mahã? Magblɔ nyɔnu la kple lã, si le etsɔm, eye ta adre kple dzo ewo li nɛ la, ŋu nya ɣaɣla afia wò.
”Lã, si nekpɔ la, enɔ anyi, eye megali o, eye wòle dodo ge atso aʋli me, eye wòayi ɖe gbegblẽ me. Eye ne anyigbadzinɔla, siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, akpɔ lã la ɖa, alesi wònɔ anyi, eye megali o, eye wòagava la, woƒe mo awɔ yaa. Afii gɔmesese, si me nunya le la, hiã le: Ta adreawo nye to adre, siwo dzi nyɔnu la bɔbɔ nɔ, eye wonye fia adre: Wo ame atɔ dze anyi, eye ɖeka ti, mamletɔ la meva haɖe o, eye ne eva la, ele ne be, wòanɔ anyi ʋee ko. Eye lã, si nɔ anyi, eye megali o la, eya ŋutɔ hã enye enyilia, eye wònye adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe gbegblẽ me. Eye dzo ewo, si nekpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka. Nenem me siawo la tameɖoɖo ɖeka li na wo, eye wotsɔ woƒe ŋutete kple ŋusẽ na lã la.
”Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo. Eye wògblɔ nam bena: Tsi, siwo nèkpɔ, siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ la, wonye dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo. Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ. Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu. Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.
”Eye nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla bubua de le didim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe klẽ de anyigba dzi. Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza. Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.
”Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o, elabena eƒe nuvɔ̃wo ko yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi. Miɖo teƒe ne, abe alesi eya hã ɖo eteƒe na mi ene, miɖo teƒe ne teƒe eve le eƒe dɔwɔwɔwo nu, kplu, si me wòtɔtɔ nu le la, mitɔtɔ nu teƒe eve nu ɖe eme nɛ. Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o. Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.
”Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ. Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va. Eye anyigba dzi sitsalawo le avi fam, eye wole konyi fam le tawò; elabena amea ɖeke megale woƒe adzɔnuawo ƒle ge akpɔ o. Adzɔnu siawo nye: Sika kple klosalo kple kpe xɔasiwo kple adzagbawo kple aklala biɖibiɖi kple aɖabɛ kple seda kple awu dzi kple ati ʋeʋẽe ƒomeviwo katã kple nyiɖu ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple ati xɔasi kple gadzẽ kple ga kple kpe xɔasi ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple botsyo kple ami ʋeʋẽe kple atike ʋeʋẽe kple ami sisi kple lifi kple aha kple ami kple wɔ nyuitɔ kple lu kple aƒemelãwo kple alẽwo kple sɔwo kple tasiaɖamwo kple ame ƒeƒlewo kpakple amewo ƒe luʋɔwo. Eye atikutsetse, siwo dzroa wò luʋɔ la, dzo le gbɔwò, eye nu viviwo kple atsyɔ̃ɖonuwo katã bu ɖe wò, eye megale wo kpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o. Eye nusiawo ƒe adzɔdola, siwo to edzi zu kesinɔtɔwo la, woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti, anɔ avi fam, eye woanɔ konyi fam anɔ gbɔgblɔm bena: Baba, baba na du gã la! Eya, si do aklalabiɖibiɖiwu kple aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwu leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo! Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo golẽ petepete. Eye ʋumefia sia ʋumefia kple ʋuɖola sia ʋuɖola kple kahela sia kahela kpakple ƒu dzi dɔwɔlawo katã wole tsitre le adzɔge ke. Eye esi wokpe eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, wodo ɣli gblɔ bena: Du kae sa kple du gã ma mahã? Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe la me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wo du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzɔ la, tro zu kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me. Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e. Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o, eye womegale saŋkuƒolawo kple hadzilawo kple dzekulawo kple kpẽkulawo ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale aɖaŋuwɔla bubu ƒomevia ɖeke kpɔ ge le mewò o, eye womegale tetutu se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o;
”eye akaɖi ƒe keklẽ megale keklẽ ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o: elabena wò asitsalawo nye anyigba dzi megãwo; elabena woble dukɔwo katã to wò afakaka me. Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.
”Nusiawo megbe la mese gbe gãa ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi. Eye wogagblɔ zi evelia bena: Mikafu Yehowa! Eye eƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye woɖo gbe ɖa na Mawu, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Amen, mikafu Yehowa! Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mí ɖeviwo kple ame tsitsiwo! Eye mese gbea ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum!
”Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo. Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo. Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo. Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.
”Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒea, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me; eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta, eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si amea leke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu; eye wòdo awua de, si ŋu wohlẽ ʋu do, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya. Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim. Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me. Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!
”Eye mekpɔ mawudɔla ɖekaa ɖe le tsitre le ɣe me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽa ɖe le gbɔgblɔm na xevi, siwo katã dzona le dziƒo titina la bena: Miva ƒo mia ɖokui nu ƒu ɖe Mawu ƒe nuɖuɖu gã la gbɔ, bena miaɖu fiawo ƒe lã kple aʋafiawo ƒe lã kple ame sesẽwo ƒe lã kple sɔwo kple wo dzinɔlawo ƒe lã kple ablɔɖeviwo kple kluviwo kple ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo katã ƒe lã.
”Eye mekpɔ lã la kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo ƒo wo ɖokui nu ƒu, be yewoawɔ aʋa kple amesi le sɔ dzi la kple eƒe aʋakɔ la. Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe. Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.
”Eye mekpɔ mawudɔla ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gãa ɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi via ɖe.
”Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka. Ame kuku mamleawo la womegbɔ agbe o, vaseɖe esime ƒe akpe ɖeka la nu va yi. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ. Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖo o, ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.
”Eye ne ƒe akpe ɖeka la nu va yi la, woatu Satana le gaxɔa me, eye wòado go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ. Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lolo la ŋu, eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo.
”Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
”Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o. Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu. Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia. Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.
”Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o. Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.
”Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo. Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa. Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye. Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia. Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adre, siwo yɔ fũ kple fuwɔame mamletɔ adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka va, eye wòƒo nu kplim gblɔ bena: Va abi, ne mafia ŋugbetɔ, si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò!
”Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam, esi ŋu Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le; eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔa ɖe ene, hele abe yaspis-kpe, si me kɔ abe kristalo ene; gli kɔkɔ gãa ɖe le eŋu; agbo wuieve le eŋu, eye mawudɔla wuieve le agboawo tame, eye woŋlɔ ŋkɔ, siwo nye Israel-viwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo la, ɖe wo ŋuti. Ɣedzeƒe gome la agbo etɔ̃ li, eye anyiehe gome la agbo etɔ̃ li, dziehe gome la agbo etɔ̃ li, eye ɣetoɖoƒe gome la agbo etɔ̃ li. Gɔmeɖoɖo wuieve li na dua ƒe gli la, eye Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu. Eye amesi le nu ƒom kplim la, lé sikadzidzeti ɖe asi, be yeadzidze du le kple eƒe agboawo kpakple eƒe gli la. Eye du la le dzogoe ene me, eye eƒe didime le abe eƒe kekeme ene; eye wòdzidze du la kple dzidzeti la, wòle stadio akpe wuieve: eƒe didime kple kekeme kple kɔkɔme wosɔ. Eye wodzidze du la wòle abɔklugui alafa ɖeka kple blane vɔ ene le amewo ƒe dzidzenu, si le mawudɔla si la nu. Eye nusi wotsɔ ɖo glia la, enye yaspis-kpe, eye du la nye sika dzadzɛ hele abe ahũhɔ̃e dzadzɛ ene. Eye wotsɔ kpe xɔasi bubu ƒomeviwo katã wɔ leke na dua ƒe gli la ƒe gɔmeɖoɖoawo. Gɔmeɖokpe gbãtɔ nye yaspis, evelia nye safir, etɔ̃lia nye xalkedon, enelia nye smaragd, atɔ̃lia nye sardonik, adelia nye sardis, adrelia nye krisolit, enyilia nye beril, asiekelia nye topas, ewolia nye krisopras, wuiɖekɛlia nye hiakint, wuievelia nye ametist. Eye agbo wuieveawo nye adzagba wuieve, agboawo dome ɖesiaɖe nye adzagba ɖeka; eye dua ƒe ablɔ nye sika dzadzɛ abe ahũhɔ̃e, si me wokpɔa nu tonɛ la ene.
”Eye nyemekpo gbedoxɔa ɖeke le eme o; elabena Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, kple Alẽvi la wonye eƒe gbedoxɔ. Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi. Eye dukɔwo azɔ eƒe kekeli me, eye anyigba dzi fiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ ava emee. Eye womatu eƒe agbowo le ŋkeke me o; elabena zã mado le afima o, eye woatsɔ dukɔwo ƒe atsyɔ̃ kple bubu ava emee. Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.
”Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.
”