22 – Nukunuwo

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Nukunuwo.

Kpukpui 3 Siwo Le Vevie Wu

Mateo 10:1

Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.

Marko 11:22-24

Eye Yesu xa dzi gblɔ na wo bena: Mawu dzi xɔse nenɔ mia si! Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne. Eyaŋuti mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si ke ta míado gbe ɖa le, eye míabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi.

Dɔwɔwɔwo 5:12-16

Eye dzesi kple nukunu geɖewo va me le dukɔ la dome to apostolowo ƒe asi dzi. Eye wo katã wonɔ anyi kple tame ɖeka le Salomo ƒe akpata la me. Ke amesiwo susɔ la, wo dometɔa ɖeke meɖoa dzi tena ɖe wo ŋu o, hafi boŋ dukɔ la bua wo ŋutɔ. Ke ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ; nenem bena wotsɔ dɔlélawo hã do go va ablɔ me, eye wotsɔ wo mlɔ abawo kple abatiwo dzi, bena ne Petro gbɔna la, eƒe vɔvɔli ɖeɖeko nadze wo dometɔa ɖe dzi. Eye amehawo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem la hã me ƒo ƒu. Eye wotsɔ dɔlélawo kple amesiwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.

Kpukpui Ðesiaɖe Le Biblia ƒe Ðoɖo Nu – 266 kpukpuiwo

Mose I 1:1-3

Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la ŋku me, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi. Eye Mawu gblɔ be: Kekeli nedo! Eye kekeli do.

Mose I 2:7

Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.

Mose I 41:15-16

Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Meku drɔ̃e, eye amea ɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese le ŋuwò bena, ne ese drɔ̃e ko la, eɖea egɔme. Tete Yosef ɖo ŋu na Farao bena: Gbeɖe, menye nyee o; ke Mawu agblɔ nusi enyo la na Farao.

Mose II 3:2-5

Eye Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋuvea ɖe me. Esi wòlé ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ bena, ŋuve la le bibim, gake mele fiafiãm o. Tete Mose gblɔ bena: Mate ɖe eŋu, ne makpɔ nukpekpe gã sia ɖa, nusi ŋuti ŋuve la mele fiefiẽm o ɖo. Ke esi Yehowa kpɔ bena, ele tetem ta, be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si! Eye wògblɔ bena: Megale va afisia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!

Mose II 4:2-5

Yehowa gblɔ nɛ bena: Nukae ma le asiwò? Eɖo ŋu bena: Atizɔtie. Tete wògblɔ bena: Tsoe ƒu gbe ɖe anyigba! Esi wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba la, etrɔ zu da, eye Mose si le enu. Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖa nalé eƒe asike! Eye wodo eƒe asi ɖa lee; tete wògatrɔ zu atizɔti de esi. Ekema woaxɔe ase bena, Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob fe Mawu lae de eɖokui fia wò.

Mose II 4:6-9

Eye Yehowa gagblɔ nɛ bena: Tsa wò asi ƒo ɖe wò axatome! Eye wòtsɔ eƒe asi ƒo de eƒe axatome. Esi wògaɖee ɖa la, anyi ƒo ɖe eƒe asi ŋuti fu tii. Eye wògblɔ bena: Gagbugbɔ wò asi ƒo de wò axatome! Eye esi wògagbugbɔ eƒe asi ƒo de axatome, eye wògaɖee da la, kpɔ ɖa, eƒe asi gazu abe eƒe ŋutilã susɔea ene. Ne womexɔ wò nya dzi se o, eye womebu dzesi gbãtɔ o la, ekema woaxɔ dzesi evelia dzi ase. Ke ne womexɔ dzesi eve siawo hã dzi se o, eye womese wo gbe o la, ekema naku tsi le Nil-tɔsisi me akɔ de anyigba, eye tsi, si nèku le Nil-tɔsisia me la, atrɔ zu ʋu ɖe anyigba.

Mose II 4:30-31

Eye Aron gblɔ nya, siwo katã Yehowa de asi na Mose la; ke eya wo dzesiawo le dukɔ la ƒe ŋku me. Esi dukɔ la se bena: Yehowa ɖo ŋku Israel-viwo dzi, eye wòkpɔ woƒe teteɖanyi la, woxɔe se, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.

Mose II 7:3

Ke nye la mana Farao ƒe dzime nasẽ, bena mawo dzesi kple nukunu geɖewo le Egipte-nyigba dzi.

Mose II 7:9-12

Ne Farao abia nukunua ɖe tso mia si la, ekema gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ da ɖe Farao ƒe ŋku me! eye wòatrɔ zu da gãa ɖe. Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Aron tsɔ eƒe atikplɔ da ɖe Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, eye wòtrɔ zu da gãa ɖe. Ke Farao hã yɔ nunyalawo kple afakalawo vɛ, eye Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenemake. Wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe atikplɔ ɖa ɖe anyi, tete wotrɔ zu da gãwo; ke Aron ƒe atikplɔ lé woƒe atikplɔwo mi.

Mose II 7:20-23

Eye Mose kple Aron wɔ, abe alesi Yehowa de se na wo ene. Eye wotsɔ eƒe atikplɔ ƒo Nil me tsi la dzi le Farao kple eŋuti mewo ƒe ŋku me, tete tsi, siwo katã le Nil me la, trɔ zu ʋu. Eye lã, siwo katã le Nil me la, ku, eye lɔ la de asi ʋeʋẽ me, ale be Egiptetɔwo megate ŋu no Nil me tsi o. Eye ʋu le Egipte-nyigba dzi afisiafi. Ke Egipte-tɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe ave me nuwɔwɔwo wɔe nenema ke. Eye Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o abe alesi Yehowa gblɔ ene. Tete Farao trɔ yi aƒe me, eye meɖo toe na wo o.

Mose II 8:1-7

Eyome Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi. Ɖe asi le nye dukɔ ŋu bena wòaɖasubɔm! Ke ne egbe asiɖeɖe le eŋu la, ekema mana akpɔkplɔwo naɖe fu na mi le wò anyigba blibo la katã dzi. Eye Nil-tɔsisi la adzi akpɔkplɔwo, eye woaɖo ava aƒewò me, ayi ɖe wò xɔgã me kple wò aba dzi; ayi ɖe ŋuwo mewo kple dukɔ la ƒe xɔwo me, eye woage ɖe wo abolokpowo kple amɔwɔzewo me. Gɔ̃ la akpɔkplɔawo ata le wò ŋuta, wò dukɔ la kple ŋuwò mewo katã ŋuti. Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Do wo asi kple atikplɔ ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple tawo dzi, eye nahe akpɔkplɔwo ava Egipte-nyigba la dzi! Tete Aron do eƒe asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tɔwo dzi, eye akpɔkplɔwo do hexɔ Egipte-nyigba la dzi. Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi.

Mose II 8:16-19

Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron be: Tsɔ wo atikplɔ, eye naƒo ke me le anyigba dzi, ekema atrɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Eye wòwɔ nenema Aron do eƒe asi kple atikplɔ ɖa, eye wòƒo ke me le anyigba dzi. Tete mũwo do ɖe amewo kple lãwo ŋu; ke, siwo katã le anyigba dzi la, trɔ zu mũwo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Eye afakalawo hã tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenema, be woahe mũwo vɛ, ke womete ŋui o. Eye mũawo nɔ amewo kple lãwo ŋu. Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.

Mose II 8:20-24

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ ŋdi kanya, ne eyi tɔa nu la, eye nagblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm! Ke ne ègbe asiɖeɖe le nye dukɔa ŋu la, ekema mana togbatowo nava ɖo wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dome, eye woava aƒewò me; Egipte-tɔwo ƒe xɔwo me kple anyigba, si dzi wotsi tre ɖo gɔ̃ hã ayɔ fũ kple togbatowo. Gbemagbe maɖe Gosen-nyigba, si dzi nye dukɔ le la, le eme, eye togbatoawo made afima o, bena nanyae be, nyee nye Yehowa le anyigba la dzi. Eye made vovo nye dukɔ kple wò dukɔ dome; etsɔe dzesi sia ava me! Eye Yehowa wo nenema; tete togbato geɖe fũ va Farao ƒe aƒe kple eŋu mewo ƒe xɔwo me kpakple Egipte-nyigba blibo la dzi, eye togbatoawo gblẽ anyigba la.

Mose II 9:1-7

Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi Farao gbɔ, eye nagblɔ ne bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, bena wòaɖasubɔm! Ke ne egbe asiɖeɖe de wo ŋu, eye nègalé wo ɖe anyi la, ekema Yehowa ƒe asi alé wò lãha, siwo le gbedzi, eye adza sesẽa ɖe aƒo sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo. Ke Yehowa ade vovo Israel-viwo ƒe lãwo kple Egiptetɔwo to dome, eye lã, siwo nye Israel-viwo to la, dome ɖeke maku o. Eye Yehowa ɖo ŋkeke gblɔ bena: Etsɔ Yehowa ana nu sia ava anyigba la dzi. Esi ŋu ke la, Yehowa na wòva me. Eye Egipte-tɔwo ƒe lãwo katã ku; ke Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hã meku o. Eye Farao do amewo ɖa, eye wokpɔ bena, Israel-viwo ƒe lãwo dome ɖeka hɔ̃ hã meku o. Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le dukɔ la ŋuti wòyi o.

Mose II 9:8-12

Emegbe Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Miɖe kpo me dzɔble ɖe miaƒe asiʋlowo me, eye Mose nahlẽe ɖe ya me le Farao ƒe ŋku me; ekema azu ʋuʋu akaka ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye wòatrɔ zu ƒoƒoe, siwo me dɔvɔ̃ aɖo, ɖe amewo kple lãwo siaa ŋu, le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Eye woɖe kpo me dzɔble la heva tsi tre ɖe Farao ƒe ŋku me, eye Mose tsɔe hlẽ ɖe ya me; tete wòtrɔ zu ƒoƒoe, siwo me dɔvɔ̃ ɖo, ɖe amewo kple lãwo siaa ŋu. Ke afakalawo mete ŋu no te ɖe Mose nu o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te afakalawo hã abe Egiptetɔwo katã ene. Eye Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene.

Mose II 9:22-27

Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe dziƒo, bena kpetsi nadza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa kpakple agblemenuwo katã dzi le Egipte-nyigba la dzi! Eye Mose do eƒe atikplɔ ɖe dziƒo, tete Yehowa na dzi ɖe gbe, eye kpetsi dza, eye dzi ke dzo de anyigba la dzi, eye Yehowa na kpetsi dza ɖe Egipte-nyigba la dzi. Kpetsia le dzadzam, eye dzi le dzo kem ɖe eme edziedzi; kpetsia nu sẽ ŋutɔ, eye etɔgbe medza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi kpɔ o, tso esime amewo va edzi. Eye kpetsia gblẽ nusianu, si le gbedzi, le Egipte-nyigba blibo la katã dzi hewu amewo kple lãwo siaa, eye kpetsia gblẽ agblemenuwo katã, eye wòle gbemetiwo katã. Negbe Gosen-nyigba, si dzi Israel-viwo le ko, dzi kpetsia ɖeke mede o. Tete Farao do woɖayɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Meda vo! Yehowa tɔ dzɔ, ke mía kple nye dukɔ la to medzo o.

Mose II 10:12-16

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe Egipte-nyigba dzi, be nakplɔ ʋetsuviwo vɛ, ne woava Egipte-nyigba dzi aɖu gbe, siwo katã le anyigba dzi kpakple nusianu, si kpetsia tso ɖi la. Tete Mose do eƒe atikplɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya ƒo ɖe anyigba la dzi ŋkeke blibo la katã kple zã blibo la katã, eye esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la kplɔ ʋetsuviwo vɛ. Eye ʋetsuviawo ƒo ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye wodze ɖe anyigba la ƒe afisiafi taŋtaŋ; wo tɔgbe meva kpɔ o, eye magava alea hã akpɔ o. Eye wonye tsyo anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba megale dzedzem o; woɖu gbe me nu miemiewo katã kple kutsetse, siwo kpetsia tso ɖi, eye aŋgba mumũa ɖeke megale atiwo kple gbe me nu miemiewo dzi le Egipte-nyigba blibo la katã dzi o. Tete Farao na woyɔ Mose kple Aron ve kaba eye wògblɔ bena: Meda vo ɖe Yehowa, mia Mawu la, kple mia ŋuti.

Mose II 10:21-23

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe dziƒo, bena viviti nado ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, ale bena woate ŋu ali asi viviti la ŋu. Tete Mose do eƒe asi ɖe dziƒo, eye viviti tsiɖitsiɖia ɖe do ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Amea ɖeke mete ŋu kpɔ nɔvia o, eye amea ɖeke mete ŋu dzo le enɔƒe o ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Ke kekeli le Israel-viwo katã ƒe nɔƒewo.

Mose II 12:29-33

Le zã titina la Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi, si le eƒe zi dzi la dzi vaseɖe gatɔ, si le gaxɔ me la, ƒe ŋgɔgbevi kpakple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã dzi. Tete Farao kple eŋu mewo kpakple Egiptetɔwo katã fɔ le zã titina, eye avifafa de dzi le Egipte-nyigba dzi hoo, elabena aƒea ɖeke meli, si me ame meku le o. Eye wòyɔ Mose kple Aron vɛ le zã me gblɔ bena: Netsɔ, midzo le nye dukɔ la dome, mia ŋutɔwo kple Israel-viwo; miyi ɖasubɔ Yehowa, abe alesi miegblɔ ene. Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo hã ɖe asi yii, abe alesi miegblɔ ene, eye miɖayra nye hã! Eye Egiptetɔwo ƒo ɖu ɖe dukɔ la nu, be woadzo le anyigba la dzi kaba, elabena wogblɔ be: Mí katã miele kuku ge!

Mose II 14:19-29

Tete mawudɔla, si le Israel ƒe aʋakɔa ŋgɔ la, dzo yi ɖe wo megbe; eye alilikpo dodo la dzo le wo ŋgɔ yi wo megbe. Eye wònɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aʋakɔ la dome, eye alilikpo la do viviti ɖe Egiptetɔwo, eye wòklẽ na Israel-viwo le zã la me, ale bena wo dometɔa ɖeke mete ɖe nɔvia ŋu zã blibo la katã o. Eye Mose ɖo eƒe asi ɖe ƒu la dzi. Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã, ale bena ƒu la mie keŋ, eye tsi la ma ɖe akpa eve me. Eye Israel-viwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene na wo ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe miã me. Eye Egiptetɔwo ti wo yome, eye Farao ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔdolawo katã kplɔ wo ɖo va ƒu la titina. Le fɔŋli la Yehowa le dzobibi kple alilikpo dodo me kpɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ dzi ɖa, eye wòtɔtɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la. Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti. Ke Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe ƒu la dzi, bena tsi la nagbugbɔ aŋe ɖe Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi. Tete Mose do eƒe asi ɖe ƒua dzi, eye esi ŋu ke ɖe le eme la, tɔa gaɖo eƒe nɔnɔme, eye Egiptetɔwo si yi ɖakpee. Ale Yehowa nyã Egiptetɔwo de ƒu la me. Eye tsi la nyẽ zi va kpe, eye wòŋe ɖe tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo, siwo ti wo yome va ƒua me la dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o. Ke Israel-viwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe mia me.

Mose II 15:26

gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.

Mose IV 12:6

Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.

Mose IV 14:22

ŋutsu, siwo katã kpɔ ŋutikɔkɔe kple dzesi, siwo mewo le Egipte kple gbeadzi, gake wotem kpo zi ewo, eye womeɖo to nye gbe o la,

Mose V 4:11-13

Tete miete va, eye mietsi tre ɖe to la te, eye dzo de dzi le to la ŋu ɖase dziƒo ke, alilikpo do, eye viviti tsyɔ. Eye Yehowa ƒo nu kpli mi tso dzo la me, miese gbeɖiɖi, gake miekpɔ nɔnɔmea ɖeke o, negbe gbe ko miese. Eka eƒe nubabla la ta na mi, si enye se ewo, siwo wòde, be miawɔ la, eye woŋlɔ wo ɖe kpe eve dzi.

Mose V 4:33-34

Ɖe dukɔa ɖe se Mawu ƒe gbe tso dzo me, abe alesi nèsee ene, hetsi agbe kpɔa? Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?

Mose V 6:22

eye Yehowa wɔ dzesi kple nukunu gã dziŋɔwo le Egipte, ɖe Farao kple eƒe aƒe blibo la ŋu miekpɔ;

Mose V 7:15

Eye Yehowa axe mɔ na dɔlélewo tsyo ƒomevi le ŋuwò, eye makplɔ Egiptedɔvɔ̃, siwo katã nenya la, aƒu wò o, ke boŋ akplɔ wo aƒu wò ketɔwo.

Mose V 7:19

eye ɖo ŋku ŋusẽnuwɔwɔ, siwo nèkpɔ kple ŋku, dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si wodo ɖe dzi, siwo Yehowa, wò Mawu, tsɔ kplɔ wò la dzi. Alea ke Yehowa, wò Mawu, awɔ dukɔ, siwo katã vɔ̃m nele lae.

Mose V 8:3-4

Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta. Avɔ mevuvu le ŋuwò o, eye wò afɔ mete le ƒe blaneawo me o.

Mose V 34:10-12

Ke nyagblɔɖila ɖeke megana Israel kpɔ abe Mose, Yehowa nya ŋku me kple ŋku me ene o; amesi Yehowa ɖɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, be wòawɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba blibo la ŋu; hekpe ɖe ŋusẽnu kple nu tsu dziŋɔ, siwo katã Mose wɔ le Israel blibo la ŋku me ŋuti.

Yosua 3:14-17

Tete dukɔ la do tso woƒe agbadɔwo me, eye woho, be yewoatso Yordan, eye nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la dze dukɔa ŋgɔ. Esi aɖakatsɔlawo va Yordan nu, eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, ƒe afɔwo ka tsia me la, ke Yordan ɖɔ gbagba go le nuŋeɣi blibo la katã me — tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa. Eye nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, vaseɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.

Yosua 6:15-20

Ke wòfɔ le ŋkeke adreagbe kaba, esime dzite tso, eye wozɔ ƒo xlã du la alea zi adre; le ŋkeke adrelia dzi ko woƒo xlã du la zi adre. Zi adrelia la nunɔlawo ku akɔfɛawo, eye Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mitso aseye, elabena Yehowa tsɔ du la de asi na mi! Mitsrɔ̃ du la kple nusiwo katã le eme gbidigbidi na Yehowa; negbe Raxab, gbolo la, kple amesiwo katã le eƒe me ko miaxɔ de agbe, elabena eyae tsɔ amesiwo míedɔ la ɣla. Ke mikpɔ nyuie le busunuawo ŋu, ne miagatsɔ wo dometɔa ɖeke aɖo busu mia ɖokui ahakplɔ busu aƒu Israel-saɖa la, eye woage ɖe dzɔgbevɔ̃e me o. Ke klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo katã ŋu kɔ na Yehowa, eye woatsɔ wo ava Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la. Tete dukɔ la tso aseye, eye woku akɔfɛawo. Esi dukɔ la se akɔfɛawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye hoo, tete ɖu la ƒe gliwo mu ɖo baba, eye dukɔ la ge ɖe dua me, amesiame kpɔ ŋgɔ tẽ, eye woxɔ du la.

Yosua 10:12-13

Eye Yosua ƒo nu kple Yehowa le Israel-viwo ŋku me, le gbesigbe Yehowa tsɔ Amoritɔwo de asi la, eye wògblɔ le Israel ŋku me bena: Ye, tɔ ɖe Gibeon, eye ɣleti, tsi Ayalon-ʋe la me! Tete ɣe kple ɣleti wotɔ, vaseɖe esime dukɔ la bia hlɔ̃ woƒe futɔwo. Ɖe womeŋlɔ esia ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe agbalẽ me oa? Eye ɣe tɔ le ɣeɖota me, eye meɖe abla ɖaɖo to o anɔ ŋkeke blibo ɖeka.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:5-6

Esi Simson kple fofoa kpakple dadaa woyina ɖe Timnat, eye wova ɖo Timnat-tɔwo ƒe weingblewo gbɔ la, kpɔ ɖa, dzatavia ɖe le gbe tem va do goe. Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye wòvuvui, abe alesi wovuvua gbɔ̃vi ene, evɔ wònye metsɔ naneke ɖe asi o hafi. Ke megblɔ nusi wòwɔ la na fofoa kple dadaa o.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:29-30

Eye Simson va titinasɔti eveawo, siwo dzi xɔa nɔ, ɖeka ɖe ɖusi, eye evelia ɖe mia, eye wòtutu wo. Eye Simson gblɔ be: Maku kple Filistitɔwo! Eye wòbi eɖokui kple ŋusẽ, tete xɔ la mũ dze amegãwo kple dukɔ blibo la dzi. Ale amesiwo wowu le eƒe kuɣi la, sɔ gbɔ wu amesiwo wòwu le eƒe agbe me.

Samuel I 5:2-4

Esi Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe aɖaka la, wotsɔe va Dagon ƒe me, eye wodae ɖe Dagon gbɔ. Ke esi Asdodtɔwo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye wòfɔ Dagon gatsɔ ɖo eteƒe. Esi wogafɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, Dagon tsɔ mo bu anyi ɖe Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye ta kpakple asibayawo kple eve dudu le Dagon ŋu, eye wòƒo kponogo ɖi.

Samuel I 5:6-12

Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me. Esi Asdodtɔwo kpɔ bena, ale nɔ ge wòala la, wogblɔ bena: Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la meganɔ mía gbɔ o, elabena eƒe asi sẽ ɖe mía kple miaƒe mawu Dagon dzi. Eye wodɔ ame woɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu va wo gbɔ, eye wogblɔ bena: Aleke miele Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la wɔ gee? Woɖo ŋu be: Mitsɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖo ɖe Gat! Tete woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa. Ke esi aɖaka la va afima la, Yehowa ƒe asi he ŋɔdzi gãa ɖe va ɖu la dzi, eye wòna ƒoƒoe te duametɔwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. Eye woɖo Mawu ƒe aɖaka la ɖe Ekron; ke esi Mawu ƒe aɖaka la va Ekron la, Ekrontɔwo do ɣli gblɔ bena: Woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖe mía gbɔ, be woawu mia kple míaƒe dukɔ la! Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu, eye wogblɔ bena: Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖada ɖe eteƒe, bena magawu mia kple mía dukɔ la o! Elabena dzidzi ƒo du blibo la kutɔkutɔe, eye Mawu ƒe asi sẽ le afima. Amesiwo meku o la, ƒoƒoe te wo, eye du la ƒe ɣli de dzi.

Samuel I 6:19-20

Eye wowu amewo le Bet-Semestɔwo dome, elabena wokpɔ Yehowa ƒe aɖaka la. Ewu ame akpe blaatɔ̃ kple blaadre le dukɔ la dome. Tete dukɔ la fa konyi, elabena Yehowa wu amewo le dukɔ la dome ŋutɔ. Eye Bet-Semestɔwo gblɔ bena: Ameka ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia nu? Eye ameka gbɔ woatso mía gbɔ ayi?

Samuel I 17:34-37

Dawid gblɔ na Saul bena: Ne wò ɖɔla le fofoa ƒe alẽwo kplɔm, eye dzata alo sisiblisi va lé alẽ ɖeka le lãha ŋu la, metia eyome, eye meƒonɛ heɖenɛ le eƒe nu me; ke ne ebe, yeawɔ nu kplim la, meléa eƒe ge, eye meƒonɛ wuna. Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le. Dawid gagblɔ bena: Yehowa, si ɖem tso dzata kple sisiblisi si me la, eya ke aɖem tso Filistitɔ sia si me. Tete Saul gblɔ na Dawid bena: Heyi, Yehowa nanɔ kpli wò!

Samuel I 17:45-51

Dawid gblɔ na, Filistitɔ la bena: Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nède alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa atsɔ wò ade asi nam egbea, eye mawu wò atso ta le nuwò, eye matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la ƒe kukuwo ana dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo egbe sia, ne anyigba blibo la nadze sii bena, Mawua de li na Israel; eye ameha blibo sia nadze sii bena, Yehowa metsɔa yi alo akplɔ ɖea ame o; elabena aʋa enye Yehowa tɔ, eye eyae atsɔ mi ade asi na mí. Eye esi Filistitɔ la ɖe zɔ ɖe Dawid dzi, be yealé ɖe eŋu la, Dawid wɔ kaba ƒu du yi aʋadzedze la nu, be yeakpe Filistitɔ la. Tete Dawid ƒo asi ɖe akplɔ me ɖe kpe ɖeka da kple akafo heƒo Filistitɔ la ƒe ŋgonu, eye kpe la ŋɔ eƒe ŋgonu, wòmũ tsyɔ mo anyi. Ale Dawid tsɔ akafo kple kpe la kpɔ ŋusẽ ɖe Filistitɔ la dzi, eye wòƒo Filistitɔ la hewui; ke yi mele Dawid si o. Tete Dawid ƒu du te ɖe Filistitɔ la ŋu, eye wò ɖi eƒe yi le aku me hewui, eye wòtsɔe tso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ bena, woƒe kalẽtɔ ku la, wòsi.

Samuel II 6:6-7

Esi wova Naxon ƒe lugbɔƒe la, Usa do asi ɖa lé Mawu ƒe aɖaka la, elabena nyiawo dze ɖe aga. Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe Usa ŋu, eye Mawu ƒoe ƒu afima ɖe Mawu ƒe aɖaka la xa.

Fiawo I 17:1

Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!

Fiawo I 17:12-16

Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe: Ne aboloa ɖe le asinye fĩ! Negbe wɔ asiʋlo ɖeka koe le ze me kple ami via ɖe le goe me, eye kpɔ ɖa, meva nake wuwlui fɔ ge, be mayi aɖaɖae, ne mía kple vinyeŋutsu miaɖu, hafi míaku. Tele Eliya ɖo ŋu na bena: Megavɔ̃ o! Yi nawɔ, abe alesi negblɔ ene; ke tsɔ ɖe tɔ tatali via ɖe nam gbɔ, eye natsɔe vɛ nam, emegbe hafi nawɔ mia kple viwò lɔ. Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Wɔze la maɖi gbolo o, eye ami, si le goea me la, mavɔ o, vaseɖe esime Yehowa nana tsi nagadza ɖe anyigba dzi. Eye wòyi ɖawɔ, abe alesi Eliya gblɔ ene, eye woa kplii kpakple viaŋutsu woɖui eteƒe didi. Wɔze la meɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, meva o, la Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Eliya dzi la nu.

Fiawo I 17:17-24

Eye wòva me le nya siawo megbe bena, aƒeanɔ ƒe vi dze dɔ, eye eƒe dɔ la nu sẽ ɖe dzi, ale be megate ŋu le gbɔgbɔm o. Tete wògblɔ na Eliya bena: Mawu ƒe ame! Nya ka le mia kpli wò dome? Ɖe nèva gbɔnye, be naɖo ŋku nye nuvɔ̃wo dzi, eye nawu vinyea? Eɖo ŋu ne bena: Tsa viwò la nam! Eye wòxɔe le eƒe akɔnu tso yi xɔtaxɔe, si me wòle la me, eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi. Eye wòyɔ Yehowa gblɔ bena: Yehowa, nye Mawu, ahosi, si gbɔ menye amedzro le, hã ŋue nèbe, yeawo vɔ̃ do, eye nawu via? Tete wòdra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ heyɔ Yehowa gblɔ bena: Yehowa, nye Mawu, gbugbɔ ɖevi sia ƒe luʋɔ gava emee dzro! Yehowa se Eliya ƒe gbe, eye ɖevi la ƒe luʋɔ gagbugbɔ va eme, eye wògbɔ agbe. Eye Eliya tsɔ ɖevi la ɖi tso xɔtaxɔ la me va xɔa me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye Eliya gblɔ bena: Kpɔ ɖa, viwò la tsi agbe. Tete nyɔnu la gblɔ na Eliya bena: Azɔ medze sii bena, Mawu ƒe amee nènye, eye Yehowa ƒe gbe, si le nuwò la, nye nyateƒe.

Fiawo I 18:32-39

Etsɔ kpeawo ɖi vɔsamlekpui le Yehowa ƒe ŋkɔ me, eye wòɖe ne ƒo xlã vɔsamlekpui la kpe ɖo, ale be woate ŋu aƒa lu dzidzenu eve ɖe wo domee. Eyome wòɖo nakeawo ɖo, eye wòɖi nyitsu la heɖo nakeawo dzi. Eye wògblɔ bena: Midu tsi tɔmedeze ene kɔ ɖe vɔsalã la kple nakeawo dzi! Eye wògblɔ be: Miwɔe zi evelia! Eye wowɔe zi evelia. Emegbe wògagblɔ be: Miwɔe zi etɔ̃lia! Eye wowɔe zi etɔ̃lia. Eye tsi la gbagba ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye woɖu tsi ɖe ʋe la hã me wòyɔ taŋ. Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu. Tɔ nam, Yehowa, tɔ nam, ne dukɔ sia nadze sii be, wò Yehowa enye Mawu, eye wòe agatrɔ woƒe dziwo! Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ. Eye esi dukɔ blibo la kpɔe la, wotsyɔ mo anyi hedo ɣli gblɔ bena: Yehowae nye Mawu, Yehowae nye Mawu!

Fiawo II 2:8

Tete Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, eye wòŋlɔe tsɔ ƒo tsi la dzi wòmã ɖe akpa eve, eye woa kple eve la woto ƒuƒuiƒe ɖi go.

Fiawo II 2:11-14

Esime wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwo va klã woa kple eve la dome, eye Eliya to ahom me yi dziƒo. Ke esi Elisa kpɔe la, edo ɣli be: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo! Eye megakpɔe o. Tete wòlé eƒe awuwo hedze wo ɖe akpa eve me. Eye wòtsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya, si ge le eŋu la, eye wògbugbɔ va Yordan nu. Tete wòtsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya, si ge le eŋu la, ƒo tsi la dzi hegblɔ bena: Afika Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le? Eya hã ƒo tsi la dzi, eye wòmã ɖe akpa eve; eye Elisa ɖi go ɖe egodo.

Fiawo II 2:23-24

Eye wòdzo tso afima heyi Betel. Esi wòle mɔ dzi le to liam la, ŋutsuvi suea ɖewo ɖo tso dua me, eye wole alɔme ɖem le eŋu le gbɔgblɔm bena: Tabebetɔ, lia va, tabebetɔ, lia va! Eye esi wònyè kɔ kpɔ wo la, eƒo fi de wo le Yehowa ƒe ŋkɔ me; tete sisiblisi eve do tso ave me va vuvu ɖevi blane vɔ eve le wo dome.

Fiawo II 4:2-7

Elisa gblɔ ne be: Nuka mawɔ na wòa? Gblɔe nam, nuka le asiwò le aƒe me? Edo ŋu be: Naneke mele wò dɔla si le aƒe me o, negbe amigoe ɖeka ko. Eye wògblɔ be: Yi gbɔdome naɖaɣe goewo le wò aƒelikawo katã si; goe gbɔlowo woanye, eye wòasɔ gbɔ. Emegbe nayi xɔ me ado ʋɔ ɖe mia kple viwòŋutsuwo nu, eye naku ami la de goeawo katã me; ne ɖeka yɔ la, natee ɖe axa dzi. Eye wodzo le egbɔ ɖado nɔ de eya kple viaŋutsuwo nu, woawo le goeawo tsɔm nɛ, eye wòle ekum ɖe wo me. Esime goeawo yɔ vɔ la, egblɔ na viaŋutsu be: Gatsɔ goe ɖeka ɖo dem. Eɖo ŋu nɛ be: Goea ɖeke megali o. Tete ami la nu tso. Tete woɖagblɔe na Mawu ƒe ame la. Eɖo ŋu nɛ be: Yi ɖadzra ami la, ne natsɔ axe ŋuwò fewoe, eve natsɔ susɔea anyi mia kple viwowoe.

Fiawo II 4:32-35

Eye esi Elisa va xɔa me la, kpɔ ɖa, ɖevi la ku wotsɔ mlɔ eƒe aba dzi. Eye woge ɖe eme hedo ʋɔa ɖe woa kple eve la nu, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa. Emegbe wòde aba la dzi hetsyɔ akɔ ɖe ɖevi la dzi; etsɔ yeƒe nu ɖo eƒe nu, yeƒe ŋku ɖo eƒe ŋku dzi, eye wotsɔ yeƒe asi do eƒe asiwò me, eye wòdra ɖe edzi, vaseɖe esime dzo ɖo lã me na ɖevi la. Emegbe wòtrɔ hezɔ le xɔa me yi afi zi ɖeka kple afime zi ɖeka; eye wòde aba la dzi hetsyɔ akɔ ɖe edzi. Tete ŋutsuvi la nyẽ zi adre, eye ŋutsuvi la ʋu ŋku.

Fiawo II 4:40-44

Eye wotrɔe tsɔ ɖo ameawo kɔ me, be woaɖu. Ke esi woɖu nua ɖe la, wodo ɣli be: Mawu ƒe ame, ku le zea me! Eye womete ŋu ɖui o. Tete wògblɔ be: Ekema miku wɔ vɛ. Eye wòtsɔe kɔ ɖe zea me gblɔ be: Mitrɔe ɖo ameawo kɔ me, ne woaɖu. Eye nu vɔ̃ɖia ɖeke meganɔ zea me o. Eye ŋutsua ɖe tso Baal-Salisa tsɔ lubolo blave, siwo nye nuku gbãtɔwo ƒe abolo kple bli tɔtɔe ɖe kotoku me ve na Mawu ƒe ame la; ke eya gblɔ be, wòatsɔe na ameawo, ne woaɖu. Eƒe dɔla ɖo ŋu be: Aleke matsɔ nusia aɖo ame alafa kɔ me? Egblɔ bena: Tsɔe na ameawo, ne woaɖu, elabena ale Yehowa gblɔ esi: Woaɖu nu wòakpɔtɔ. Eye wòtsɔe ɖo wo ko me, eye woɖui wòkpɔtɔ le Yehowa ƒe nya la nu.

Fiawo II 5:10-14

Eye Elisa do ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ be: Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye wò ŋuti aka. Tete Naeman bi dzi hedzo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nyea mebu be, ɖe wòle dodo ge ava gbɔnye, eye wòate ɖe ŋunye ayɔ Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ, eye woatso eƒe asi alili de teƒeawo, eye wòayɔ dɔ anyia hĩ! Ɖe Damasko-tɔsisiwo, Amana kple Farfar, menyo wu Israel-tosisiwo katã oa? Ɖe nyemale tsi le wo me, eye ŋunye nakɔ oa? Eye wòdo dzo kple dziku. Tete eƒe dɔlawo va egbɔ ƒo nu kplii gblɔ bena: Mía fofo, ne nyagblɔɖila gblɔ nu sesẽa ɖe na wò la, màwɔe oa? Kakaka wògblɔ na wò be: Ɖale tsi, ne ŋuwò nakɔ! Tete wòɖi abu yi ɖado ɖi ɖe Yordan me zi adre le Mawu ƒe ame ƒe nya la nu, eye eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dzaa ɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.

Fiawo II 6:5-7

Esime wo dometɔ ɖeka le atia lãm la, fia la ge ɖe taa me. Tete wòdo ɣli gblɔ bena: Ao, nye aƒetɔ, ɖe meɣee! Eye Mawu ƒe ame la gblɔ bena: Afika woge dze? Efia teƒe lae, eye wòlã ati tsɔ ƒu gbe ɖi, tete fía la ho ɖe dzi. Eye wògblɔ be: Lée! Tete wòɖo asi ɖa lée.

Fiawo II 6:8-12

Eye Aram-fia ho aʋa ɖe Israel ŋu, eye wòde adaŋu kple eƒe dɔlawo gblɔ bena: Afi kple afime maƒu nye asaɖa ɖo. Ke Mawu ƒe ame la dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia, ne woagblɔ nɛ bena: Kpɔ nyuie, ne màgato teƒe sia ŋu ayi o, elabena Aramtɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe afima. Eye Israel-fia ɖɔ ame ɖe teƒe, si Mawu ƒe ame la fiae hexlɔ̃ nui le eŋu la, eye wòkpɔ eɖokui dzi nyuie le afima ŋu; menye zi ɖeka o, eye menye zi eve o. Tete Aram-fia ƒe dzi de asi dzodzo me nyanyanya le nya sia ŋuti, eye wòyɔ eƒe dɔlawo gblɔ na wo bena: Miate ŋu agblɔe nam mia dometɔ, si le Israel-fia la dzi dem oa? Tete eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpao, nye aƒetɔ fia, ke boŋ nyagblɔɖila Elisa, si le Israel lae, nɔa wò nya, siwo nègblɔna le wò xogã me la, gblɔm na Israel-fia.

Fiawo II 6:15-20

Esi Mawu ƒe ame la ƒe dɔla fɔ ŋdi kanya, eye wòdo go la, kpɔ ɖa, aʋakɔa ɖe kple sɔwo kpakple tasiaɖamwo de to de dua. Eye eƒe ɖekakpui la gblɔ bena: Oo, nye aƒetɔ, nuka wo ge míala? Edo ŋu bena: Megavɔ̃ o, elabena amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi. Eye Elisa do gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ʋu eƒe ŋkuwo, ne woakpe nu! Tete Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ nu, eye kpɔ ɖa dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le to la ŋu kpaŋkpaŋ ƒo xlã Elisa. Esi woɖi abu va egbɔ la, Elisa do gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Na ameha sia ƒe ŋku nagbã! Eye wòna woƒe ŋkuwo gbã le Elisa ƒe nya la nu. Eye Elisa gblɔ na wo bena: Menye mo lae nye esia o, eye menye du lae nye esia o; mikplɔm ɖo, ne makplɔ mi yi ŋutsu, si dim miele la gbɔe. Eye wòkplɔ woyi Samaria. Esime wova Samaria la, Elisa gblɔ be: Yehowa, ʋu amesiawo ƒe ŋkuwo, ne woakpɔ nu! Tete Yehowa ʋu woƒe ŋkuwo, eye wokpɔ be, yewole Samaria titina.

Fiawo II 13:21

Eye wòva me, esime wole ŋutsua ɖe ɖim, eye wokpɔ adzohawo la, wotsɔ ŋutsu la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Ke esi ŋutsu la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu la, egbɔ agbe, eye wòtso ɖe eƒe afɔwo dzi.

Fiawo II 20:9-11

Yesaya ɖo ŋu be: Esia nye dzesi tso Yehowa gbɔ be, Yehowa le nusi wògblɔ la wɔ ge. Ɖe vɔvɔli la nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo loo, alo negbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewoa? Xizkiya gblɔ bena: Mesesẽ be, vɔvɔli nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo o, ke boŋ vɔvɔli la negbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo. Tete nyagblɔɖila Yesaya yɔ Yehowa, eye wòna vɔvɔli, si yi ŋgɔ la, gbugbɔ yi ɖoƒe la dzi; egbugbɔ ɖe megbe le Axaz ƒe ɣega la dzi ɖoƒe ewo.

Kronika II 16:12

Eye Asa dze da ɖe afɔ le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃ va asiekelia me, eye ɖɔ la do gã ɖe edzi; ke mebia gbe Yehowa se le eƒe dɔléle la me o, negbe atikewɔlawo ko.

Kronika II 26:16-20

Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dada me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi. Tete nunɔla Azarya do ɖe eyome, eye Yehowa ƒe nunɔla blanyi, siwo nye ŋutsu kalẽtɔwo la, kpe ɖe eŋu. Eye wotsi tre ɖe fia Uziya ŋu gblɔ nɛ bena: Uziya, medze wò be, nado dzudzɔ na Yehowa o, negbe nunɔlawo, siwo nye Aron viwo, amesiwo ŋu wokɔ hena dzudzɔdodo la ko. Do go le kɔkɔeƒe la, elabena èwɔ nu tovo, eye Yehowa made bubua ɖeke ŋuwò o. Tete Uziya ɖo dɔmedzoe, eye wòlé dzudzɔdogba ɖe asi be, wòado dzudzɔ. Ke esi wòdo dɔmedzoe ɖe nunɔlawo ŋu la, anyi ƒo ɖe eƒe ŋgonu le nunɔlawo ŋku me le Yehowa ƒe xɔ la me le dzudzɔdovɔsamlekpui la xa. Eye esi nunɔlawo ƒe tatɔ Azarya kple nunɔlawo katã trɔ kɔ ɖe eŋu la, kpɔ ɖa, edze anyi ɖe ŋgonu, eye wonyae afɔ tsɔtsɔe tso afima. Eya ŋutɔ hã wɔ kabakaba hedo, le esi Yehowa ƒoe la ta.

Nexemya 9:10

Ewɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba dzi dukɔ blibo la ŋu; elabena enya be, dadam wole ɖe wo ŋu, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.

Hiob 5:8-9

Nyee wònyea, anye ne matrɔ ɖe Mawu ŋu, eye matsɔ nye nya ade asi na Mawu, amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o,

Hiob 13:4

Ke miawo la, ami ɖem miele ɖe aʋatso, eye gbedala dzodzrowo mienye.

Psalmowo 30:2

Yehowa, nye Mawu, wòe medo ɣli na, eye neda gbe le ŋu nye.

Psalmowo 41:3-4

Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aha dzi nɔnɔ bubui. Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!

Psalmowo 77:14

Wòe nye Mawu, amesi wɔ nukunuwo, èɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.

Psalmowo 103:3-5

Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu, amesi ɖea wò agbe tso gbegblẽ me, eye wòtsɔa amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò, amesi tsɔa nu nyui ɖia ƒo na wò amegãkuku, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.

Psalmowo 147:3

eya, amesi ɖaa gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye woblaa woƒe abiwo.

Yesaya 7:14

Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.

Yesaya 53:5

Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.

Yeremya 30:17

Yehowa be: Mahaya wò, eye mayɔ dɔ wò ahiãwo; elabena wole yɔwòm be „amenyãdegbea“, Zion, „si ta womebiana sena o.“

Yeremya 32:20-21

wò amesi wɔ dzesiwo kple nukunuwo le Egipte-nyigba dzi ɖe Israel kple amegbetɔwo siaa nu vaseɖe egbe, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wòle egbe siawo ene, etso dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple ŋɔdzi gã kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi,

Xezekiel 37:1-10

Eye Yehowa ƒe asi va dzinye, eye wòtsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kplɔm yi ɖada ɖe tagba, si yɔ fũ kple ameƒuwo. Ekplɔm towo ŋui godoo, kpɔ ɖa, wosɔ gbɔ le tagba la fũ, eye woƒu kplakplakpla. Tete wògblɔ nam be: Amevi, ɖe ƒu siawo agagbɔ agbea? Meɖo ŋu bena: Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ènyae! Eye wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi ɖe ƒu siawo ŋu gblɔ na wo bena: Mi ƒu ƒuƒuwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawo enye si: Made gbɔgbɔ mia me, ne miagbɔ agbe. Made lãmeka mia ŋu, eye mana lã naɖo mia ŋu; mafa agbalẽ ɖe mia ŋu, eye made gbɔgbɔ mia me, be miagbɔ agbe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. Eye megblɔ nya ɖi, abe alesi wode se nam ene. Esi megblɔ nya ɖi la, hoowɔwɔ le ɖiɖim, ƒuawo le kpekpem ɖe wo nɔewo nu, eye wo dome ɖesiaɖe va nɔvia gbɔ. Eye meɖo ŋku anyi hekpɔ bena, lãmeka dowo ŋu, lã ɖo wo ŋu, eye agbalẽ fa ɖe edzi, ke gbɔgbɔ mekpɔ ɖo wo me haɖe o. Tete wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi do ɖe gbɔgbɔ, amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na gbɔgbɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbɔgbɔ tso ya eneawo gbɔ nava, agbɔ ɖe ame kuku siawo me, ne woagbã agbe! Eye megblɔ nya ɖi, abe alesi wode se nam la ene. Tete gbɔgbɔ va ɖo wo me, eye wogbɔ agbe hetso ɖe woƒe afɔwo dzi, aʋakɔ gã nyadria ɖe wonye.

Daniel 2:26-30

Fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar le, bena; Ate ŋu alĩ drɔ̃e, si meku la, eye naɖe egɔme nam vavãa? Daniel do ŋn na fia la gblɔ bena; Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, hokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvi me nyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o. Ke Mawua ɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nehukadnezar. Wò drɔ̃ekuku kple ŋutega, si va ta me na wò le wò aba dzi la, enye si; Wò fia, èle tame bum le nusi gbɔna dzɔdzɔ ge le ɣeyiɣi siawo megbe la ŋu le wò aba dzi, eye amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go la, ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia wò. Ke nye la, menye esi nunya le asinye wu agbagbeawo katã ta, wode nya ɣaɣla sia fiam ɖo o, ke boŋ, be woaɖe egɔme na fia la, eye nadze si wò dzimesusuwo.

Daniel 3:19-30

Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã. Eye wòɖe se na ŋutsu sesẽ, siwo le eƒe aʋakɔa me la be, woabla Sadrax, Mesax kple Abed-Nego atsɔ aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. Tete ŋutsuawo bla wo, woƒe agbotɛwo, dziwuiwo kple awu ʋlayawo kpakple avɔwo le wo ŋu, wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. Eye dzoƒaɖewo wu ŋutsu, siwo kplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego yii la, elabena fia ƒe se la sesẽ, eye wodo kpodzo la wògbɔ eme. Ŋutsu etɔ̃awo Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wole babla wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me. Tete fia Nehukadnezar ƒe nu ku, eye wòtso zi ɖeka kplà gblɔ na eƒe adaŋudelawo bena: Ɖe menye ŋutsu etɔ̃e míebla tsɔ ƒu gbe de dzoa me oa? Woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ẽ, fia! Exɔ edzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mele ŋutsu ene kpɔm, ka tu le wo ŋu, eye wole tsatsam le dzoa me, eye womexɔ abi o; enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi la ene. Tete Nehukadnezar te ɖe kpodzo bibi la ŋu hexɔ edzi gblɔ bena: Sadrax, Mesax kple Abed-Nego, mi dziƒoʋĩtɔ la viwo, mido va! Enumake Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wodo tso dzoa me. Eye amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo kple fia ƒe adaŋudelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye wode ŋku ɖe ŋutsuawo hekpɔ be, dzo mewɔ naneke ŋuli na wo o, eye woƒe taɖa mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu o. Tete Nehukadnezar xɔ edzi gblɔ bena: Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòade eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasuhɔ mawu bubua ɖeke alo aɖo gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o. Eyata se, si dem mele, enye si: Ne amea ɖe gblɔ nya tovoa ɖe ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu ŋu le dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔglɔwo katã dome la, woaflii kakɛkakɛ, eye eƒe eƒe azu aɖukpo; elabena mawu bubua ɖeke meli ate ŋu aɖe ame abe eya ene o. Emegbe fia la na ame nyo na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego le Babel-nyigba dzi.

Daniel 4:1-3

Fia Nehukadnezar ƒe nya na dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi, enye si: Eme nenyo na mi! Enye nye didi be, matsɔ dzesi kple nukunu, siwo Mawu dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la, aɖe gbe ƒãe. Eƒe dzesiwo lolo, eye eƒe nuku nuwo tri akɔ loo! Eƒe fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye eƒe dziɖuɖu le ƒomewo katã me!

Daniel 5:5-6

Enumake kasia amegbetɔ ƒe asibiɖe va ŋlɔ nu ɖe fiasã la ƒe gli, si wosi akalo na la ŋu le akaɖitia ŋgɔdze. Eye esi fia la kpɔ asi, si ŋlɔ nua la, fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.

Daniel 6:16-24

Tete fia la de se wokplɔ Daniel ɖaƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, neɖe wò! Womli kpe va ɖo do la nu, eye fia la tsɔ eƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe amegãwo ƒe ŋkɔsigɛ tre enu, be nya bubua ɖeke magadzɔ ɖe Daniel dzi o. Emegbe fia la yi eƒe fiasã me, eye wotsi nu dɔ, womekplɔ nyɔnu vɛ nɛ o, eye wòtsi zãdomadɔlɔ̃e. Eye fia la fɔ ŋdi kanya, esime agu dze, eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ. Esi wova doa gbɔ la, edo avisimegbee yɔ Daniel; fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Daniel, wò Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, te ŋu ɖe wò tso dzatawo si mea? Tete Daniel ƒo nu kple fia la be: Fia nenɔ agbe tegbee! Nye Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòde ga nu na dzatawo, be womewɔ nanekem o, elabena nyemeɖi fɔ le eŋku me o, eye nyemeɖi fɔ le wò fia ŋku me hã o. Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòɖe se be, woaɖe Daniel le do la me. Eye woɖe Daniel le ɖo la me, ke naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu. Eye fia la ɖe se be, woatsɔ ŋutsu, siwo tso Daniel nu, wo viwo kple wo srɔ̃wo aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do la me; ke womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzatawo tso wo xɔ, eye wogbã woƒe ƒuwo katã o.

Daniel 6:25-27

Emegbe fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi bena: Eme nenyo na mi! Nyee de se be, Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me, elabena Mawu gbagbe wònye, eye wòli tegbee, eƒe fiaɖuƒe nu meyina o, eye eƒe dziɖuɖu li vaseɖe nuwuwu. Eɖea ame, eye wòxɔna na ame, ewɔa dzesiwo kple nukunuwo le dziƒo kple anyigba dzi, eyae nye amesi ɖe Daniel tso dzatawo si me.

Yoel 2:28-31

Le nusiawo megbe la matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyonuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo. Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi. Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ. Ye ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi. Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.

Mateo 4:23-24

Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome. Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.

Mateo 8:2-3

Eye kpɔ ɖa, anyidzelaa ɖe va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, ate ŋu ana ŋutinye nakɔ. Tete Yesu do abɔ da, eye wòde asi eŋu gblɔ bena: Meli, ŋutiwò nekɔ! Eye enumake eƒe anyi la kɔ ɖa.

Mateo 8:14-15

Eye esi Yesu va Petro ƒe me la, ekpɔ lɔ̃xoa le anyimlɔƒe, le ŋudza lém. Eye wòde asi eƒe asi ŋuti, tete ŋudza la dzo le edzi; eye wòtsi tre hesubɔe.

Mateo 8:16-17

Ke esi fiẽsi ɖo la, wotsɔ ame geɖe, siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le wo me la, va egbɔ; eye wògblɔ nya henyã gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe, eye wòda gbe le amesiwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋuti, bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to Yesaya, nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dɔlélewo ɖo eɖokui dzi.“

Mateo 8:24-27

Eye kpɔ ɖa, ya sesẽa ɖe va ƒo ɖe ƒua dzi, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe nua me; ke eya ŋutɔ dɔ alɔ̃. Eye wova egbɔ, nyae gblɔ bena; Aƒetɔ, ɖe mi, miele tsɔtsrɔm! Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo. Eye ameawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ bena: Ameka ƒomevi enye sia be, yawo kple ƒu hã ɖoa toe?

Mateo 8:28-34

Eye esi wòva egodo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi la, ame eve, siwo me gbɔgbɔ vɔwo le, eye adã le mo na wo ŋutɔ, ale bena amea ɖeke metea ŋu toa afimamɔ o la, do go tso yɔdowo me va kpee. Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã? Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le adzɔge le gbe ɖum. Eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Ne ènyã mi do go la, dɔ mí ɖe hawo me. Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi! Eye esi wodo go la, woyi ɖe haawo me; kasia kpɔ ɖa, wo katã wòsi du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye woku ɖe tsiawo me. Tete wo kplɔviwo si, eye esi wova dua me la, woka nyaawo katã kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, hã ƒe nya ta na wo. Eye kpo ɖa, du blibo la katã do go yi Yesu kpe ge; eye esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me ayi.

Mateo 9:2-8

Eye kpɔ ɖa, wotsɔ lãmetututɔa ɖe, si mlɔ aba dzi la, va egbɔ. Ke esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la la, egblɔ na lãmetututɔ la bena; Vinye, na wò dzi nadze me, wotso wò nuvɔ̃awo ke wò. Eye kpo ɖa, agbalẽfialawo dometɔa ɖewo gblɔ le wo ɖokui me bena: Amesia le busunya gblɔm. Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã? Elabena kae bɔbɔ wu be, woagblɔ: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre, ne nazɔ azɔli mahã? Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi; tete wògblɔ na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ, wò aba dzi, eye nayi aƒewò me! Eye wòtsi tre heyi ɖe eƒe me. Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.

Mateo 9:20-22

Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ la, to emegbe va te ɖe eŋu, eye wòde asi eƒe awuto ŋu; elabena egblɔ le eɖokui me bena: Ne mede asi eƒe awu la ŋu ko la, mahaya. Ke esi wòtrɔ kpɔe la, egblɔ nɛ bena: Vinyɔnuvi, na wò dzi nadze me! Wò xɔse la ɖe wò. Eye nyɔnu la ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma ke dzi.

Mateo 9:23-26

Ke esi Yesu va amegã la ƒe me, eye wòkpɔ dzekulawo kple ameha, siwo le ʋunyaʋunya wɔm la, egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe. Eye esi wonyã ameha la do go la, eyi ɖe eme, eye wòlé eƒe asi, eye nyɔnuvi la to ɖe tsi tre. Nenem eƒe ŋkɔ nyo kaka ɖe afima-nyigba katã dzi!

Mateo 9:27-31

Esi Yesu dzo le afima yina la, ŋkuagbãtɔ eve dze eyome, le ɣli dom gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mía nublanui! Eye esi wòyi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔwo va egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo bena: Miexɔe se bena, mate ŋu awɔ esia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ. Tete Yesu de asi woƒe ŋkuwo ŋu gblɔ bena: Ava me na mi le miaƒe xɔse la nu. Eye woƒe ŋkuwo ʋu. Eye Yesu gbe nya na wo vevie gblɔ bena: Kpɔ ɖa, migana amea ɖeke nanyae o. Ke woawo la, esi wodo go ko la, wona eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima-nyigba blibo la katã dzi.

Mateo 9:32-33

Eye esi woawo do go la, kpɔ ɖa, wotsɔ aɖetututɔ, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, va egbɔ. Eye esi wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe la, aɖetututɔ la ƒo nu. Eye amehawo ƒe mo wɔ yaa, wogblɔ bena: Womekpɔ nusia tɔgbee le Israel kpɔ o.

Mateo 9:35

Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.

Mateo 10:1

Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.

Mateo 10:8

Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.

Mateo 11:5

Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.

Mateo 12:10-13

eye kpɔ ɖa, amea ɖe li, eye titi lé asi nɛ. Eye wobiae bena: Ɖe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã? bena woatso enu. Eye wògblɔ na wo bena: Ameka le mia dome, ne alẽ ɖeka le esi, eye alẽ ma dze do me le Sabat dzi la, malée, aɖee o mahã? Azɔ amegbetɔ tɔ mevena wu alẽ tɔ oa? Ale wɔ woɖe mɔ bena, woawɔ nu nyui le Sabat dzi esi. Tete wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye wògaɖɔ ɖo zu blibo abe ekeme ene.

Mateo 12:15

Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,

Mateo 12:22-23

Tete wotsɔ amea ɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔe. Eye wòda gbe le eŋu ale bena, aɖetututɔ la ƒo nu, eye wòkpɔ nu. Eye kuvia ɖo ameha la katã, eye wogblɔ bena: Alo nenem me sia la menye Dawid vie o ɖe?

Mateo 12:28

Ke ne nye la menyãa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa go to Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dzi la, ekema Mawu ƒe fiaɖuƒe la do ɖe mia dzi.

Mateo 13:58

Eye mewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le afima o, le woƒe dzimaxɔse ŋuti.

Mateo 14:14

Eye esi Yesu do go, eye wòkpɔ ame geɖe la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòda gbe le woƒe dɔlélawo ŋu.

Mateo 14:15-21

Eye esi fiẽsi ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Afisia gbedzìe, eye ɣeyiɣi la va yi xoxo; ɖe asi le amehawo ŋu azɔ, ne woayi ɖe kɔƒeawo me aɖaƒle nuɖuɖu na wo ɖokui. Ke eya gblɔ na wo bena: Mehiã bena, wòayi o; miawo mina nu wo woaɖu! Eye wogblɔ ne bena: Naneke mele mía si le afisia o, negbe abolo atɔ kple tɔmelã eve ko. Eye wòbe: Mitsɔ wo vɛ nam! Eye wòɖo bena, amehawo nabɔbɔ nɔ gbea dzi; eye esi wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpɔ dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye esi wòŋe wo me la, etsɔ wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na amehaawo. Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wòfɔ kakɛ, siwo susɔ la, ɖe xevi wuieve me fũ. Ke amesiwo ɖu nua la, woanɔ ŋutsu akpe atɔ̃, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.

Mateo 14:25-27

Ke le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me la Yesu le ƒu dzi zɔm gbɔna wo gbɔ. Ke esi nusrɔ̃lawo kpɔe wòle ƒu dzi zɔm gbɔna la, dzika tso wo ƒo, eye wogblɔ bena: Ŋɔlie! Eye wodo vɔvɔ̃ɣli. Enumake Yesu ƒo nu na wo gblɔ bena: Miaƒe dzi nèdze me, nye enye esi; migavɔ̃ o hee!

Mateo 14:28-33

Eye Petro xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, nenye wòe la, na bena, mazɔ tsia dzi ava gbɔwò. Tete wògblɔ bena: Va! Eye esi Petro ɖi le ʋua me la, ezɔ tsia dzi va Yesu gbɔ. Gake esi wòkpɔ ya le ƒoƒom la, evɔ̃, eye esi wòde asi toyiyi me la, edo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖem! Eye Yesu do abɔ ɖa enumake, eye wòlée hegblɔ nɛ bena: Wò xɔseʋeetɔ, nukaŋuti nèke ɖi mahã? Eye esi woge ɖe ʋua me la, ya la dzudzɔ. Ke amesiwo le ʋua me la, dze klo nɛ gblɔ bena: Mawuvi nenye vavã.

Mateo 14:35-36

Eye esi afimatɔwo dze sii la, woɖo du ɖe afimanutoawo katã me godoo, eye wotso dɔlélawo katã va egbɔ; eye wova ɖe kuku nɛ bena, yewoade asi teƒe awuto ko ŋuti; eye ame geɖe alesi nu de asi eŋu la, ƒe lãme sẽ.

Mateo 15:22-28

Eye kpo ɖa, Kanaan-nyɔnua ɖe ɖo go tso afima nutoawo me, eye wòɖo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me. Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu ne o. Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ gblɔ bena: Do mɔe, ne wòayi; elabena ele ɣli ɖom le mia yome. Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Womedɔm o, negbe ɖe Israel-ƒe me alẽ bubuwo gbɔ ko. Ke nyɔnua va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, xɔ nam! Eye wòɖo eŋu gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o. Ke eya gblɔ bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ dzi. Tete Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva mè na wò, abe alesi nèdi ene. Eye eƒe nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.

Mateo 15:30-31

Eye ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi ve, eye wotso wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu. Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.

Mateo 15:32-38

Ke Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu ɖe egbɔ gblɔ bena: Nye dɔme trɔ ɖe ameha la ŋuti; elabena egbe enye ŋkeke etɔ̃agbe wole ŋutinye, eye naneke mele wo si woaɖu o; ke nyemelɔ̃ bena, mado mɔ wo dɔme ɣeɣi o, ɖewohĩ aƒetrɔ latsɔ wo le mɔ dzi. Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Afika míakpɔ abolo geɖe alea gbegbe atsoe le gbe sia dzi, bena ameha gã sia naɖu aɖi ƒo mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Abolo nenie le mia sii? Eye wogblɔ bena: Wo ame adre kple lãvi ʋeea ɖewo. Eye wòɖo bena, ameha la nabɔbɔ nɔ anyigba; eye wotsɔ abolo adre lã kple lãwo, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, eŋe wo me hetsɔ na nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo tsɔ wo na ameha la. Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wolɔ abolo kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi adre me fũ. Eye amesiwo ɖu nua la, wole ŋutsu akpe ene, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele me o.

Mateo 17:2

Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?

Mateo 17:14-18

Eve esi wova ameha la gbɔ la, amea de va egbɔ, eye wòdze klo nɛ le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, kpɔ nye ŋutsuvi ƒe nublanui! Elabena ele kpeŋui kum, eye wòle fu kpem ŋɔdzitɔe; elabena enuenu la edzea dzo me, eye enuenu la edzea tɔ me. Eye mekplɔe va wò nusrɔ̃lawo gbɔ, eye womete ŋu da gbe le eŋu o. Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime, si tro kpaɖikpaɖi; ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣie mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Mikplɔe va gbɔnye afii! Eye Yesu wo ɖe eta, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso eme, eye ɖevi la ƒe lãme sẽ le nenem gaƒoƒo ma dzi.

Mateo 17:19-20

Tete nusrɔ̃lawo ɖeɖe va Yesu gbɔ gblɔ bena: Nukaŋuti miawo miete ŋu nyae do go o mahã? Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.

Mateo 17:27

Ke ne míagaɖia wo nu o la, yi ƒuta nada ƒu, eye lã, si ke naɖe gbã la, lée, eye ne èke eƒe nu la, akpɔ ga; eyae natsɔ ana wo ɖe mía kpli wò ta.

Mateo 18:18-20

Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si ke míabia le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒo, eye nusianu, si ke miatu le anyigba dzi la, anɔ tutu le dziƒo. Megale egblɔm na mi hã bena: Ne mia dome ame eve woawɔ ɖeka le anyigba dzi le nusianu me, eye woaɖe kuku la, ava ve me na wo tso Fofonye, si le dziƒowo la gbɔ. Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.

Mateo 19:26

Eye Yesu le wo kpɔm du gblɔ na wo bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.

Mateo 20:30-34

Eve kpo ɖa, ŋkuagbãtɔ eve bɔbɔ nɔ mɔ to; esi wose bena, Yesu le wo ŋuti tom yina la, wodo ɣli gblɔ bena: Dawid vi la, kpɔ mia nublanui! Eye ameha la blu ɖe wo ta, bena woazi ɖoɖoe. Ke woawo gado ɣli ɖe edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ mia nublanui! Eye Yesu to ɖe tsitre, eye wòyɔ wo ve gblɔ bena: Nuka dim miele, bena mawɔ na mi mahã? Wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, bena miaƒe ŋkuwo naʋu. Eye Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòde asi woƒe ŋkuwo ŋu, eye enumake wokpɔ nu, eye wodze eyome.

Mateo 21:14

Eye ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ le mawuƒe la me, eye wòda gbe le wo ŋu.

Mateo 21:19-22

Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ. Eye esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ bena: Aleke wɔ gboti la yrɔ su enumake mahã? Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me. Eye nusianu, si ke míabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe.

Mateo 28:2

Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi.

Mateo 28:6-7

Mele afisia o, elabena etsi tre, abe alesi wògblɔ ɖi ene. Mite va kpɔ afisi wòmia la ɖa. Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome; eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afima míakpɔe le; kpɔ ɖa, metoe na mi.

Mateo 28:18

Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.

Marko 1:23-28

Eye enumake amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, le woƒe ƒuƒoƒe, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu blu ɖe eta bena: Mia wò nu, eye nado go le eme! Eye gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe, eye wòdo go le eme. Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe. Eye enumake lã eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea-nutowo katã me godoo.

Marko 1:29-31

Eye enumake esi wodo go tso ƒuƒoƒea la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu yi ɖe Simon kple Andrea ƒe me. Ke Simon lɔ̃xo le anyimlɔƒe le ŋudza lém, eye enumake la wogblɔ eŋutinya nɛ. Eye esi wòte va la, elé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye ŋudza la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo.

Marko 1:32-34

Ke le fiẽ me, esime ɣe ɖo to la, wotso amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple esiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, va egbɔe. Eye du blibo la katã ƒo ƒu de ʋɔtrua nu. Eye wòda gbe le amesiwo katã le da bubu ƒomeviwo katã lém la ŋu, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do goe, eye mede mo na gbɔgbɔ vɔ̃wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae.

Marko 1:39

Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii.

Marko 1:40-45

Eye anyidzela ɖe va egbe le kuku ɖem nɛ, eye wòdze klo nɛ gblɔ bena: Ne èlɔ̃ ko, ate ŋu aklɔ ŋutinye. Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake la anyi la vo le eŋuti, eye eŋuti ko. Eye esi wòblu ɖe eta la, ènyae do go enumake, eye wògblẽ nɛ bena: Kpɔ nyuie! Megagblɔ naneke na amea ɖeke o; ke heyi natsɔ ɖokuiwò afia mawununɔla boŋ, eye na nusiwo ŋuti Mose de se ɖo la, le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Ke eya do go de asi gbeƒãɖeɖe me lelele kple nya la kaka me ale gbegbe bena, Yesu magate ŋu adze gaglã ayi du me o, ke gbedzi ko wònɔna, eye wotso afisiafi va egbɔ.

Marko 2:3-12

Eye ame ene tso lãmetututɔa ɖe gbɔna va egbɔ. Eye esi womete ŋu te va egbɔ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ, si me wòle la tame, eye esime woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba, si dzi lãmetututɔ la mlɔ la, ɖe anyi. Eye esi Yesu kpo woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la bena: Vinye, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò. Ke agbalẽfialaa ɖewo bɔbɔ nɔ anyi ɖe afima, eye wole ɖi kem le woƒe dzi me bena: Aleke wo amesia ƒo nu alea? Egblɔ busunya, ameka ate ŋu atso nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko o mahã? Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã? Kae bɔbɔ wu? Be woagblɔ na lãmetututɔ la bena: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre natsɔ wò aba, eye nazɔ azɔli mahã? Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi, — egblɔ na lãmetututɔ la bena: Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre, tso wò aba, ne nayi aƒewò me. Tete wòtsi tre, eye enumake, esi wòtsɔ eƒe aba la, edo go le wo katã ƒe ŋku me nenem bena, kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Miekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.

Marko 3:1-5

Eye wògayi ɖe ƒuƒoƒe, eye amea ɖe le afima, si titi lé asi na. Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu. Eye wògblɔ na amesi titi lé asi na la bena: Tsi tre ɖe titina. Eye wòbia wo bena: Ɖe woɖe mo bena, woawo nu nyui alo woawo nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe ame, alo woawui mahã? Ke woawo zi kpi. Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.

Marko 3:10-12

elabena eda gbe le ame geɖewo ŋuti ale bena, ame geɖe alesinu le veve sem la, te ɖe edzi, bena yewoade asi eŋu. Eye gbɔgbɔ makɔmakɔwo, ne wokpɔe ko la, wodzea klo ɖe ekɔ me, eye woɖoa ɣli gblɔna bena: Wòe nye Mawuvi la. Eye wogbe nya na wo vevie ŋuta bena, ne woagana wòanya ye o.

Marko 3:14-15

Eye wòɖo ame wuieve, bena woanɔ ye ŋuti, eye bena yeadɔ wo aɖo ɖa woaɖaɖe gbe ƒã, eye bena ŋusẽ nanɔ wo si hena gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyà do goe.

Marko 4:37-41

Eye ahom sesẽa ɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe ʋu la me, ale bena ʋu la de asi yɔyɔ me. Ke eya ŋutɔ le ʋu gome, Zia suɖi le alɔ̃ dom, eye wonyae gblɔ nɛ bena: Nufiala, ɖe miaƒe tsɔtsrɔ̃ metsɔ gbɔwò nya o mahã? Eye esi wònyɔ la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi. Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wo mievɔ̃ ale? Ɖe xɔse mele mia si o mahã? Eye wovɔ̃ geɖe ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?

Marko 5:2-17

Eye esi wòdo go le ʋu la me la, amea ɖe, si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la, do go tso yɔdowo me va kpee, amesi ƒe nɔƒe nye yɔdowo me, eye amea ɖeke mete ŋu blane kple kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hã o; elabena enuenu woɖea kunyowu eƒe afɔwo, eye woblanɛ kple kɔsɔkɔsɔwo, ke etsoa kɔsɔkɔsɔawo, eye wòŋea kunyowuawo, eye amea ɖeke metea ŋu nana eƒe mo fana o. Eye ɖaa zã kple keli wonoa yɔdowo me kple towo dzi henɔa ɣli dom, eye wònɔa kpe xlãm ɖe eɖokui. Eye esi wòkpɔ Yesu le adzɔge ke la, eƒu du va dze klo nɛ; eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ bena: Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi! Meta Mawu na wò bena, megawɔ funyafunyam o. Elabena egblɔ nɛ bena: Do go tso ame ta me, wò gbɔgbɔ makɔmakɔ! Eye wòbiae bena: Wò ŋkɔ ɖe? Eye wòɖo eŋu nɛ bena: Nye ŋkɔe nye Legio; elabena mi ame geɖewoe. Eye wòɖe kuku nɛ vevie ŋutɔ bena, wòaganyã yewo tso afima nutoawo me o. Ke aƒehawo ƒe ha gãa ɖe le afima le gbe ɖum le to la dzi. Eye wode kuku nɛ gblɔ bena: Dɔ mí ɖe hawo me, ne míayi ɖe wo me. Eye wòna mɔ wo. Eye esi gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go la, woyi ɖe hawo me. Tete hawo katã si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu lãme, wo nu anɔ akpe eve, eye wono tsi ku ɖe ƒu la me. Eye amesiwo le wo kplɔm la si, eye woyi ɖaxlẽe fia le dua me kple agbletawo. Eye wodo go va nusi wònye va ve me la, kpɔ ge ɖa. Eye wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe legio nɔ la, le anyinɔƒe, eye wòta avɔ, eye eƒe mo kɔ, eye wovɔ̃. Eye amesiwo kpɔe la, woxlẽ nusi wòwɔ na amesi me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ la, kple hawo ŋutinya hefiã wo. Eye wode asi kukuɖeɖe me nɛ bena, woadzo le yewoƒe nutoawo me.

Marko 5:25-34

Eye nyɔnua ɖe, si ŋu ʋu le dodom le ƒe wuieve sɔŋ, eye wokpe fu geɖe tso gbedala geɖewo gbɔ hegblẽ nusiwo katã le esi, gake mele nyonyom nɛ o, ke boŋ wògado gã ɖe edzi wu la, esi wose Yesu ŋkɔ la, eva dze amehawo le emegbe, eye wòde asi eƒe awu ŋuti; elabena egblɔ bena: Ne mede asi eƒe awu ŋu ko la, nye lãme asẽ. Eye enumake eƒe ʋu la nu tso, eye wose le eƒe lãme bena, yeƒe dɔ la vɔ. Eye enumake Yesu dze sii le eɖokui me bena, ŋusẽ do go tso ye me, eye wòtrɔ de ameha la gbɔ gblɔ bena: Amekae de asi nye awu ŋu mahã? Eye eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Ekpɔ be, ameha la mimi wò ɖo tso, hafi nèle gbɔgblɔm bena: Amekae ɖe asi ŋunye mahã? Eye wotsa ŋku godoo, bena yeakpɔ amesi wɔ esia. Ke nyɔnu la le vɔvɔ̃m, eye wòle dzodzom nyanyanya; elabena enya nusi wòwɔ nɛ, eye wòva dze klo nɛ, eye wògblɔ nyateƒe blibo katã nɛ. Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!

Marko 5:35-42

Esi wogale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va bena: Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu dem na nufiala mahã? Ke esi Yesu se nya, si gblɔm wole la, egblɔ na ƒuƒoƒemegã la bena: Megavɔ̃ o, xɔ se ko. Eye mede mɔ na amea ɖeke be, wòadze eyome o, negbe Petro kple Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko. Eye wòva ƒuƒoƒemegã la ƒe me, eye wòkpɔ amesiwo le ʋunyaʋunya wɔm, eye wole avi fam le ɣli dom sesĩe la, le afima. Eye esi wòge de aƒea me la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele ʋunyaʋunya wɔm hele avi fam ale? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle. Eye wokoe. Ke esi wonyã wo katã do goe la, èkplɔ ɖevia fofoa kple dadaa kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, eye wòyi afisi ɖevi la mlɔ. Eye wòlé ɖevi la ƒe alɔnu hegblɔ nɛ bena: Talita kumi, si gɔme enye bena: Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! Eye enumake nyɔnuvi la tsi tre, eye wozɔ azɔli; elabena exɔ ƒe wuieve, eye wolulu ŋutɔ.

Marko 6:2

Eye esi Sabat ɖo la, ede asi nufiafia me le ƒuƒoƒe la, eye ame geɖe, siwo see la, ƒe nu ku, eye wogblɔ bena: Afika amesia kpɔ nusiawo tsoe, eye nunya ka ƒomevi nye esi wonae mahã, ale be ŋusẽdɔ siawo va ve me to eƒe asi dzi mahã?

Marko 6:5

Eye mete ŋu wɔ ŋusẽdɔa ɖeke le afima o, negbe dɔléla ʋeea ɖewo ko ŋu wòda gbe le, le esime wòda asi ɖe wo dzi.

Marko 6:7

Tete wòyɔ ame wuieve la va egbɔ, eye wòde asi wo dɔdɔ me eveveve; eye wòna ŋusẽ wo de gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi;

Marko 6:13

Eye wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do go, ye wòsi ami na dɔléla geɖewo heda gbe le wo ŋu.

Marko 6:35-44

Eye esi wòsusɔ ʋee, ne zã nado la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Teƒe la enye gbedzi, eye zã hã le dodom; do mɔ wo, bena ne wòayi ɖe agbleta kple kɔƒe, siwo ƒo xlã mi la me, ne woaƒle nuɖuɖu na wo ɖokui. Eye wòxɔ edzi na wo gblɔ bena: Miawo la mina nu wo, ne woaɖu. Eye wogblɔ nɛ bena: Ekema de miayi aɖaƒle abolo denario alafa eve nu, ne miatso ana wo, ne woaɖu mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Abolo nenie le mia si mahã? Miyi ɖakpɔe ɖa. Eye esi wonyae la, wogblɔ bena: Wo ame atɔ kple tɔmelã eve. Eye wòɖo na wo bena, wo katã nanɔ anyi hamehame ɖe gbe mumu la dzi. Eye wonɔ anyi hamehame, ɖewo alafa, ɖewo blaatɔ̃. Eye esi wòtso abolo atɔ̃ la kple lã eveawo la, ekpa dziƒo, eye wòyra ɖe wo dzi, eye wòŋe aboloawo me, eye wòtso wo na nusrɔ̃lawo, bena woatsa wo aɖo wo ko me, eye wòmã lã eveawo hã me ɖe wo katã dome. Eye wo katã woɖu nu, eye woɖi ƒo. Eye wofa kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi wuieve me fũ kple lãwo ƒe ɖe hã. Eye amesiwo ɖu aboloawo la, wo nu ano ŋutsu akpe atɔ̃.

Marko 6:48-51

Eye wòkpɔ wo wole fu kpem le ʋuakuku me; elabena ya ƒo le wo kpem Eye ano zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me la ele ƒu dzi zɔm gbɔna wo gbɔ, eye wòdi be, yeato wo ŋuti ayi; ke esi wokpɔe wòle ƒua dzi zɔm la, wobu xa bena, ŋɔlie, eye wodo ɣli; elabena wo katã wokpɔe, eye dzika tso wo ƒo. Ke eƒo nu kpli wo enumake gblɔ bena: Mina miaƒe dzi nadze eme; nyee nye esi, migavɔ̃ o hee! Eye woge ɖe nu la me le wo gbɔ, eye ya la dzudzɔ, eye woƒe nu ku ŋutɔ;

Marko 6:54-56

Eye esi wodo go le ʋua me la, enumake wodze sii, eye du dzo le afima nutoawo katã me godoo, eye wode asi amesiwo ƒe lãme gblẽ la tsɔtsɔ me ɖe abawo dzi va afisi wose be, ele. Eye afisi wòyina ɖo le kɔƒewo alo duwo me alo agbletawo la, wotsɔa dɔlélawo va dana ɖe ablɔwo me, eye woɖea kuku ne bena, yewoade asi eƒe awuto ɖeɖeko ŋu; eye ame alesi nu de asi eŋu ko la, ƒe lãme sẽna.

Marko 7:24-30

Eye wòdzo le afima heyi ɖe Tiro-nutoawo me. Eye wòyi ɖe aƒea ɖe me, eye melɔ̃ be, amea ɖeke nanyae o, ke mete ŋu ɣla eɖokui o. Elabena nyɔnua ɖe, si gbɔgbɔ makɔmakɔ le vianyɔnuvi me la, se eŋkɔ, eye wòva dze klo ɖe eƒe afɔ nu. Ke nyɔnu la nye Helatɔ, si wodzi le Sirofoinike; eye wòɖe kuku nɛ bena, wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la aɖo goe tso vianyɔnuvi la me. Eye wògblɔ nɛ bena; Na ɖeviwo naɖi ƒo gbɔ; elabena menyo bena, woatsɔ ɖeviwo ƒe abolo aƒu gbe na avũviwo o. Ke eya xɔ edzi gblɔ ne bena: Yoo, Aƒetɔ! Gake avũvi, siwo le kplɔ̃ te la, ɖua ɖeviwo ƒe abolo wuwluiwo tso. Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia ŋuti la heyi; gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso viwònyɔnuvi la me. Eye esi wòdzo va eƒe me la, ekpɔ ɖevi la mlɔ aba dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go.

Marko 7:32-37

Eye wotsɔ amea ɖe, si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòatsɔ eƒe asi ada ɖe edzi. Eye wotsɔ eyama heƒo asae tso ameha la gbɔ, eye wotsɔ eƒe asibidewo ƒo ɖe eƒe to me, eye wòɖe ta ɖo eƒe aɖe nu; eye esi wòle dziƒo kpɔm la, eɖe hũ, eye wògblɔ ne bena. „Hefata“, si gɔme enye: Ʋua! Tete eƒe to la ʋu, eye enumake eƒe aɖeka hã ɖɔ ɖo, eye wòƒo nu nyuie. Eye wòde se na wo bena, woagatoe na amea ɖeke o; ke geɖe alesi wòde se na wòe la, geɖe wu woyi ɖakakae. Eye kuvia ɖo wo ŋutɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.

Marko 8:1-9

Le ŋkeke ma wo me, esi ameha gãa ɖe gava, eye naneke mele wo si, be woaɖu o la, Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Nye dɔme trɔ ɖe ameha la ŋuti; elabena egbee nye ŋkeke etɔ̃agbe wole ŋutinye, eye womekpɔ naneke, be woaɖu o; eye ne medo mɔ wo dɔme ɣeɣi, be woayi aƒe la, aƒetrɔ latsɔ wo le mɔ dzi, eye wo dome amea ɖewo hã tso didiƒe. Eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi nɛ bena: Afika amea ɖe late ŋu akpɔ abolo atsoe le gbedzi afii, be amesiawo naɖi ƒo mahã? Eye wòbia wo bena: Abolo nenie le mia si mahã? Ke wogblɔ bena: Wo ame adre. Eye wòɖo bena, ameha la nabɔbɔ nɔ anyigba; eye wotsɔ abolo adre la, eye esi wòda akpe ɖe wo dzi la, èŋe me, eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo, bena woatsɔe na wo, eye wotsɔe ɖo ameha la kɔ me. Eye lãvi ʋeea ɖewo hã le wo si, eye esi wòyra ɖe wo dzi la, ena wotsɔ woawo hã ɖo wo kɔ me. Eye woɖu nu, eye woɖi ƒo, eye wòfɔ kakɛ, siwo susɔ la, wòde kevi adre. Ke wo nu anɔ ame akpe ene, eye wòdo mɔ wo.

Marko 8:22-25

Eye wòva Betsaida. Eye wokplɔ ŋkuagbãtɔa ɖe va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe asi eŋu. Eye esi wòlé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu la, ekplɔe do go tso du la me, eye esi wòɖe ta ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae bena: Ele nane kpɔma? Esi wòwu ŋku dzi la, egblɔ bena: Mekpɔ amewo; mekpɔ wo wole abe atiwo ene hele azɔli zɔm. Tete wògatsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe ŋkuwo dzi, eye wòklẽ ŋku sesĩe; eye wòɖɔe do, eye wòkpɔ nusianu nyuie.

Marko 9:2-3

Ŋkeke ade megbe la Yesu ɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔa ɖe dzi, woawo ɖeɖe; eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe awuwo trɔ le dzo dam hefu tititi, eye nunyãlaa ɖeke mele anyigba dzi ate ŋu awɔ wo woafu alea o.

Marko 9:17-27

Eye lãme ɖeka tso ameha la dome ɖo eŋu nɛ bena: Nufiala, mekplɔ vinyeŋutsuvi, si me gbɔgbɔ maƒonu le la, va gbɔwò; eye afisi ke wòlée le la, enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, eye woɖua aɖukli, eye wòɖia ku; megblɔ na wò nusrɔ̃lawo bena, woanyãe ado goe, eye womete ŋui o. Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye! Eye wokplɔe va egbɔ; esi wòkpɔe la, enumake gbɔgbɔ la nyamae, eye wòtsyɔ kplo hele dablibɛ ƒom le futukpɔ ɖem. Eye wòbia fofoa bena: Ɣekaɣi nusia va edzi mahã? Eye wòbena: Tso keke eƒe ɖevime kee. Eye enuenu wòtsɔnɛ ƒua dzo me kple to me, bena yeawui; ke ne ate ŋu awɔ nane la, kpɔ miaƒe nublanui, ne naxa na mi. Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu. Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ bena: Mexɔe se, xɔ na nye maxɔse la! Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o! Eye wòdo go kple ɣlidodo hele enyamam ŋutɔ, eye wòzu abe ɖe woku ene; ale bena ame geɖewo gblɔ bena: Eku. Ke Yesu lé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye wòtsi tre.

Marko 10:27

Eye Yesu kpɔ wo du gblɔ bena: Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; gake Mawu gbɔ la woate ŋui; elabena woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ.

Marko 10:46-52

Eye wova Yerixo; eye esi wòdo go tso Yerixo kple eƒe nusiawo kple ameha gã la, Bartimeo, Timeo vi, si nye nubiala ŋkuagbãtɔ la, bɔbɔ nɔ anyi ɖe mɔ to. Eye esi wose bena, Yesu, Nazaretetɔ lae la, eɖe asi ɣlidodo me le gbɔgblɔm bena: Yesu, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Eye ame geɖewo blu ɖe eta, bena wòazi ɖoɖoe; ke egado ɣli geɖe wu tsãtɔ bena: Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Tete Yesu tɔ ɖe tsitre gblɔ bena: Miyɔe ɖa. Eye esi woyɔ ŋkuagbãtɔ la la, wogblɔ nɛ bena: Na wò dzi nadze eme! Tsi tre, ele yɔwòm. Ke esi wòɖe eƒe awu ƒu gbe la, etso hiã va Yesu gbɔ. Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuka dim nèle be, mawɔ na wòa? Eye ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ bena: Rabuni, bena makpɔ nu. Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, wò xɔse la ɖe wò! Eye enumake la wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le mɔ la dzi.

Marko 11:22-24

Eye Yesu xa dzi gblɔ na wo bena: Mawu dzi xɔse nenɔ mia si! Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne. Eyaŋuti mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si ke ta míado gbe ɖa le, eye míabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi.

Marko 16:6

Eye wògblɔ na wo bena: Dzidzi megaƒo mi o! Yesu, Nazaretetɔ, amesi woklã ɖe ati ŋuti la, dim miele; etsi tre, mele afisia o, mikpɔ afisi wotsɔe mlɔ la ɖa!

Marko 16:17-18

Ke dzesi siawo lakplɔ amesiwo xɔe se la ɖo: Le nye ŋkɔ la me wòanyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, eye woaƒo nu kple aɖe yeyewo. Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.

Marko 16:19

Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.

Marko 16:20

Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me.

Luka 1:37

Elabena naneke mese na Mawu o.

Luka 4:33-37

Eye ŋutsua ɖe le ƒuƒoƒe la, amesi me Abosam ƒe gbɔgbɔ bliba le, eye wòdo ɣli kple gbe sesĩe bena: Ago gbɔ, nya kae le mía kpli wò dome, wò Yesu, Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ gea? Menya wò amesi nènye: Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye. Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o. Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go. Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima nutowo katã me godoo.

Luka 4:38-39

Ke esi wòtsi tre la, edo go le ƒuƒoƒe la heyi ɖe Simon ƒe me. Eye Simon lɔ̃xo le ŋudza sesẽa ɖe lém, eye woɖe kuku nɛ ɖe eta. Eye esi wòtsi tre bi ɖe edzi la, ewo ɖe ŋudza la ta, eye wòdzo le edzi; ke etsi tre enumake, eye wòsubɔ wo.

Luka 4:40-41

Eye esime ɣe le to ɖom la, amesiwo katã si dɔléla bubu ƒomeviwo le la, wotsɔ wo va egbɔ, eye wòda asiwo ɖe wo dome ɖesiaɖe dzi ɖekaɖeka heda gbe wo ŋu. Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.

Luka 5:4-9

Eye esi wòdzudzɔ nuƒoƒo la, egblɔ na Simon bena: Mite yi tɔ ƒo, eye miɖi miaƒe ɖɔwo, ne miaɖe lã. Eye Simon xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye miekpɔ naneke o, gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo. Eye esi wowɔ esia la, woɖe lã geɖe ŋutɔ, eye woƒe ɖɔwo le dzedzem; eye wòmia asi wo tɔ, siwo le ʋu bubu me la bena, woava ade asi eme na yewo. Eye wova, eye woyɔ ʋuawo kple eve fũ, ale be woɖe asi toyiyi me. Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye. Elabena kuvia ɖoe kple amesiwo katã kpe ɖe eŋuti, le ɖɔɖiɖi zi ɖeka ƒe lã, si woɖe la ŋuti;

Luka 5:12-15

Eye wòva ve me bena, esime wòle duawo dometɔ ɖeka me la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe li, si ŋu yɔ fũ kple anyi, ke esi wòkpɔ Yesu la, edze klo tsyɔ mo anyi, eye wòɖe kuku nɛ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye. Eye wòdo abɔ da hede asi eŋu gblɔ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ! Eye enumake anyi la vɔ nɛ. Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo. Ke geɖe wu nya la de dzi le eŋuti, eye ameha geɖewo va ƒo ƒu be, yewoase nya, eye be wòada gbe yewo ŋu le yewoƒe dɔlélewo me.

Luka 5:17-26

Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu. Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖewo tsɔ amea ɖe, si nye lãmetututɔ la, ɖe aba dzi ve, eye wodi alesi woawɔ atsɔe ayi ɖe eme, eye be woatsɔe aɖo eƒe ŋku me. Eye esi womekpɔ alesi woawɔ atsɔe vɛ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖe xɔta, eye woɖiɖii ɖe anyi to mɔ, si woɖe la me kple eƒe aba la ɖe titina ɖe Yesu ŋku me. Eye esi wòkpɔ woƒe xɔse la, egblɔ bena: Ame, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò! Eye agbalẽfialawo kple farisitɔwo de asi ɖikeke me gblɔ bena: Ameka enye esia, si gblɔ busunyawo? Ameka ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa? Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ: wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre, eye nazɔ azɔli mahã? Ke ne mianyɛ bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi, — egblɔ na lãmetututɔ la bena: Mele egblɔm na wò bena: Tsi tre, eye nakɔ wò aba dzi, eye nayi aƒewò me. Eye enumake wòtsi tre le woƒe ŋku me, eye esi wòkɔ nusi dzi wòmlɔ la, edzo yi eƒe me hele Mawu kafum. Eye kuvia ɖo wo katã, eye wokafu Mawu, eye woyɔ fũ kple vɔvɔ̃ hegblɔ bena: Miekpɔ nu makpɔgbeɖewo egbe.

Luka 6:6-10

Eye wòva ve me le Sabat bubu dzi bena, eyi ɖe ƒuƒoƒe la, be yeafia nu; eye amea ɖe le afima, si titi lé nuɖusi na. Ke agbalẽfialawo kple farisitɔwo le ŋudzɔ nɛ be, ɖewohĩ ada gbe le eŋu le Sabat dzi, bena yewoakpɔ nya atso enu. Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mabia mi: Ɖe woɖe mɔ be, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe agbe alo woatsrɔ̃e mahã? Eye wòkpɔ wo katã godoo hegblɔ nɛ bena: Mlo wò asi! Eye wòwɔe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.

Luka 6:17-19

Eye esi wòɖi kpli wo la, etsi tre ɖe gbadzaƒea ɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gãa ɖe kple amewo ƒe ha gãa ɖe, si tso Yudea katã kple Yerusalem kple Tiro kpakple Sidon-ƒuta la, va be woaɖo toe, eye be woada gbe le yewo ŋu le woƒe dowo me; eye wòda gbe le amesiwo gbɔgbɔ blibawo le fu ɖem na la ŋu. Eye ameha la katã ɖi be, yewoado asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu.

Luka 7:2-10

Eye aʋafiaa ɖe ƒe dɔla, si nye ame vevi nɛ la, le dɔ lém ɖo kudo nu. Eye esi wose Yesu ŋkɔ la, edɔ Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, wòava ɖe eƒe dɔla. Eye woawo la, esi wova Yesu gbɔ la, woɖe kuku nɛ vevie gblɔ bena: Edzee be, nawɔ esia nɛ; elabena elɔ̃ miaƒe dukɔ la, eye eya kee tu miaƒe ƒuƒoƒe la na mi. Eye Yesu yi kpli wo. Ke esi eya, kple aƒe la dome megadidi o la, aʋafia la dɔ eƒe xɔlɔ̃wo ɖe egbɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, megaɖe fu na ɖokuiwò o; elabena medzem bena, nava nye xɔ te o; eyaŋuti nyemebu ɖokuinye hã bena, edzem be, mava gbɔwò o, ke boŋ gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla ƒe lãme asẽ. Elabena nye hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na amesia be: Yi, eye wòyina, eye na ame bubu be: Va, eye wòvana, eye na nye dɔla be: Wɔ esia, eye wòwɔna. Eye esi Yesu se esiawo la, eƒe mo wɔ yaa le eŋuti, eye esi wòtrɔ la, egblɔ na ameha, si dze eyome la bena: Mele egblɔm na mi bena: Le Israel gɔ̃ hã la nyemekpɔ xɔse sia tɔgbe kpɔ o. Eye esi ame dɔdɔwo trɔ yi aƒe la, wokpɔ dɔla la bena, eƒe lãme sẽ.

Luka 7:12-17

Ke esi wògogo du la ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wotsɔ ame kukua ɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, eye duametɔ geɖewo kpe ɖe eŋuti. Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o! Eye esi wote va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ɖekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa. Eye vɔvɔ̃ lé wo katã, eye wokafu Mawu gblɔ bena: Nyagblɔɖila gãa ɖe tsi tre le mia dome, eye Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa. Eye nya sia ɖi hoo le eŋuti le Yudea blibo la kple nutoawo katã me godoo.

Luka 7:21-22

Eye le gaƒoƒo ma dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo kpɔ nu. Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.

Luka 8:2

kple nyɔnua ɖewo, amesiwo wòɖe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple dɔlélewo me: Maria, si woyɔna be Magdalene, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le

Luka 8:22-25

Ke eva ve me le ŋkeke mawo dome ɖeka dzi bena, eya ŋutɔ kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe ʋua ɖe me, eye wògblɔ na wo bena: Mina ne míayi ta la godo, eye woɖe ʋu yi. Eye esi woɖe ʋua la, edɔ alɔ̃, eye ahom tu le ta la dzi, eye woƒe ʋu la yɔ, eye woɖo xaxa me. Ke wova egbɔ, eye wonyae gblɔ bena: Amegã, amegã, miele tsɔtsrɔ̃m! Eye wòfɔ blu ɖe ya kple ƒutsotsoeawo ta, eye wodzudzɔ, eye ɖoɖoe zi kpoo. Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe.

Luka 8:27-37

Eye esi wòɖi go la, ŋutsua ɖe, si gbɔgbɔ vɔ̃wo le eme, eye megado awu kpɔ o, eye menɔa aƒe me o, negbe yɔdowo me ko la, do go tso dua me va kpee. Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o. Elabena ede se na gbɔgbɔ bliba la be, wòado go tso ame la me Elabena enyamanɛ enuenu, eye esi wole eŋu dzɔm la, wobiae kple kɔsɔkɔsɔ, eye wode kunyowu eƒe afɔwo, eye wòŋe gãwo, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la nyae ɖe gbe. Eye Yesu biae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eye wògblɔ bena: Legio, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi ɖe eme. Eye woɖe kuku nɛ bena, megade se na yewo be, yewoayi ɖe do globo la me o. Eye aƒeha geɖewo le afima le gbe: ɖum le to la dzi, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe mɔ na yewo be, yewoayi ɖe woawo me. Eye wòɖe mɔ na wo. Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku. Ke esi wo kplɔlawo kpɔ nusi va ve me la, wosi, eye wògblɔe fia le dua me kple agbletawo. Eye wodo go, be woakpɔ nusi va ve me, eye esi wova Yesu gbɔ la, wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, ta ava hele anyinɔƒe le Yesu ƒe afɔ nu, eye eƒe mo ko, eye wovɔ̃. Ke amesiwo kpɔe la, gblɔe na wo, alesi woɖe gbɔgbɔ vɔ̃ to la. Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ.

Luka 8:43-48

Eye nyɔnua ɖe, si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, amesi gblẽ eƒe agbemenuwo katã na gbedalawo, eye ɖeke mete ŋu da gbe eŋu o la, va te ɖe eŋu le emegbe, eye wòde asi eƒe awu to ŋu; eye enumake eƒe ʋusisi la nu tso. Eye Yesu gblɔ bena: Amekae nye amesi de asi ŋutinye mahã? Eye esi wo katã wosẽ nu la, Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la, gblɔ bena: Amegã, amehawo mimi wò ɖo, eye wote ɖe dziwò, eye nèle gbɔgblɔm bena: Amekae de asi nunyea? Ke Yesu gblɔ bena: Amea ɖe de asi ŋunye; elabena medze sii bena, ŋusẽ do go tso menye. Ke esi nyɔnua kpɔ bena, womeɣla ye o la, eva kple dzodzo nyanyanya, eye wòdze klo ne, eye woxlẽ nusi ŋuti wòde asi eŋu, kple alesi eƒe lãme sẽ enumake la, fia le ameha la katã ƒe ŋku me. Eye wògblɔ ne bena; Vinyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò, yi ɖe ŋutifafa me!

Luka 8:49-56

Esi wogale nuƒoƒo dzi la, amea ɖe tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va gblɔ bena: Wò nyɔnuvi la ku, megaɖe fu na nufiala o! Eye esi Yesu see la, exɔ dzi ne bena: Megavɔ̃ o, xɔe se ko, eye wòaɖee! Eye esi wòva aƒea me la, meɖe mɔ na amea ɖeke be, wòava me kplii o, negbe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpakple ɖevi la fofo kple dada ko. Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle. Eye wokoe, esi wonyã bena, eku. Eye esi wonyã wo katã do go la, elé eƒe alɔnu, eye wòyɔe gblɔ bena: Ɖevi, tsi tre! Eye eƒe gbɔgbɔ la gagbugbɔ, eye wòtsi tre enumake, eye wòɖo bena, woana wòaɖu nu. Eye kuvia ɖo eƒe dzilawo; ke egbe nya na wo be, woagagblɔ nusi va ve me la, na amea ɖeke o.

Luka 9:1-2

Eye wòyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒu, eye wòna ŋusẽ kple mɔ wo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã dzi, eye be, woaɖe dɔlélewo ɖa. Eye wòdɔ wo ɖa be, woaɖe gbe ƒã mawufiaɖuƒe la, eye be woada gbe dɔlélawo ŋu.

Luka 9:6

Eye esi wodzo la, woyi ɖato kɔƒeawo me hele nyanyuie la gblɔm fia, eye wole gbe dam le amewo ŋu le afisiafi.

Luka 9:11

Ke esi amehawo dze sii la, wodze eyome, eye wòxɔ wo, eye wòƒo nu na wo le mawufiaɖuƒe ŋuti, eye amesiwo hiã gbedala la, eda gbe le wo ŋu.

Luka 9:12-17

Eye esi fiẽ le ɖoɖom la, ame wuieveawo va egbɔ gblɔ ne bena: Ɖe asi le ameha la ŋu, bena wòayi ɖe kɔƒeawo me kple agbleta, siwo ƒo xlã mi la, eye wòadze afima, eye woakpɔ nuɖuɖu, elabena gbedzi míele le afisia. Ke egblɔ na wo bena: Miawo la mina nu wo, ne woaɖu. Eye wogblɔ bena: Naneke mele mia si wu abolo atɔ̃ kple tomelã eve o; negbe ɖeko míayi aɖa ƒle nuɖuɖu na ameha sia katã. Ke wo nu anɔ ŋutsu akpe atɔ̃. Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Mina woabɔbɔ nɔ anyi le hahawo me, ɖesiaɖe blaatɔ̃. Eye wowɔ nenema, eye wona wo katã bɔbɔ nɔ anyi. Eye wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo, eye esi wòkpo dziƒo la, eyra ɖe wo dzi, eye wòŋe wo me hetsɔe na nusrɔ̃viwo be, woatsɔ wo ana ameha la. Eye woɖu nu, eye wo katã woɖi ƒo; eye wofa kakɛ, siwo susɔ la, ɖe kevi wuieve me heyii.

Luka 9:29

Eye esime wòle gbe dom ɖa la, eƒe mo ƒe dzedzeme trɔ, eye eƒe awu fu tititi hele dzo dam kaŋkaŋ.

Luka 9:38-43

Eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe tso ameha la me do ɣli bena: Nufiala, meɖe kuku na wò be, nakpɔ vinyeŋutsuvi ɖa, elabena nye tenu wònye; eye kpɔ ɖa, gbɔgbɔa ɖe lénɛ, eye kasia wòdoa ɣli, eye wònyamanɛ ale bena, futukpɔ dona le enu, eye bebli hafi wòdzona le edzi, eye wògbãa lãme nɛ bliblibli. Eye meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be, woanyãe do goe, eye womete ŋui o. Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi. Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa. Eye kuvia ɖo wo katã le Mawu ƒe gãnyenye ŋuti. Ke esi wo katã ƒe mo wɔ yaa le nusiwo katã wòwɔ ŋuti la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena:

Luka 10:8-9

Eye ɖu, si ke me mieyi ɖo, eye woxɔ mi la, miɖu nusiwo ke wotsɔ ɖo mia kɔme, eye mida gbe le dɔléla, siwo le eme la ŋu, eye migblɔ na wo bena: Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!

Luka 10:19-20

Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o. Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.

Luka 11:14

Eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃ maƒo nu nyãm. Eye wòva ve me, esi gbɔgbɔ vɔ̃ la do go la, ame maƒonu la ƒo nu, eye amehawo ƒe mo wɔ yaa.

Luka 13:10-17

Eye wòle nu fiãm le ƒuƒoƒeawo dometɔ ɖeka me le Sabat dzi. Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si me dɔléamegbɔgbɔa de le ƒe wuienyi, eye wòxa godã, eye metea ŋu koa eɖokui de dzi kulẽ o la, le afima. Eye esi Yesu kpoe la, eyae va egbe, eye wògblɔ ne bena: Nyɔnu, wotu wò tso wò dɔléle la me! Tete wòtsɔ eƒe asiwò do edzi, eye wòdzo enumake, eye wòkafu Mawu. Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o. Tete Aƒetɔ la xɔ dzi gblo ne bena: Alakpatɔwo! Ɖe mia dome amesiame metua eƒe nyi alo tedzi le lãnuɖunu la ŋuti le Sabat dzi, be wòakplɔe ayi tsinoƒe o mahã? Ke Abraham ƒe vinyɔnu sia, si Satana bla, kpɔ ɖa, ƒe wuienyi sɔŋ la, ɖe medze be, woatui le babla sia me le Sabat ŋkeke dzi o mahã? Eye esi wògblɔ esiawo la, ŋukpe lé eƒe adikãtɔwo katã, eye ameha la katã kpɔ dzidzɔ le ŋutikɔkɔedɔ, siwo katã wòwɔ la ŋuti.

Luka 13:32

Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ na abei sia bena: Kpɔ ɖa, mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm, eye mele gbe dam amewo ŋu egbe kple etsɔ, eye ŋkeke etɔ̃lia dzi la mawu enu.

Luka 14:2-4

Eye kpɔ ɖa, ame tetea ɖe le eƒe ŋku me. Eye Yesu xa dzi gblo na sefialawo kple farisitɔwo bena: Woɖe mo be, woada gbe le Sabat dzi loo, alo womeɖe mɔ o mahã? Ke woawo la wozi kpi. Eye esi wòde asi eŋu la, eda gbe le eŋu, eye wòdo mɔe.

Luka 17:5-6

Eye apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la bena: Na miaƒe xɔse nadzi ɖe edzi na mí. Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena: Ho ɖokuiwò naɖaɖo ɖe atsiaƒu me! eye aɖo to mi.

Luka 17:12-19

Eye esi wòyi ɖe kɔƒea ɖe me la, ŋutsu ewo, siwo nye anyidzelawo la, va kpee, eye wotsi tre ɖe adzɔge; eye wokɔ woƒe gbewo dzi gblɔ bena: Yesu, amegã, kpɔ mia nublanui! Eye esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo bena: Miheyi ɖatsɔ mia dokui tia nunɔlawo. Eye wòva ve me, esi woyina la, wo ŋuti kɔ. Ke wo dometɔ ɖeka, esi wòkpɔ bena, woda gbe le ye ŋu la, egbugbɔ le Mawu kafum kple gbe sesẽ, eye wòdze klo tsyɔ mo anyi de eƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ; eye eya la Samariatɔ wònye. Eye Yesu xɔ dzi gblo bena: Alo menye ame ewo ŋutie ko o mahã? Ke afika wo ame asieke la le? Alo amesiwo atrɔ atsɔ bubu na Mawu la meli o, negbe amedzro sia ko mahã? Eye wògblɔ nɛ bena: Tsi tre, nadzo, wò xɔse la de wò.

Luka 18:27

Eye wògblɔ bena: Nusiwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔe le Mawu gbɔ.

Luka 18:35-43

Eye wòva ve me, esi wògogo Yerixo la bena, ŋkuagbãtɔa ɖe bɔbɔ nɔ mɔ to le nu biam; ke esi wòse bena, ameha le eŋuti tom yina la, ebia be: Nukae nye esia? Eye woto nɛ bena: Yesu, Nazaretetɔ lae le eŋuti tom. Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Yesu, Dawid vi la, kpɔ nye nublanui! Eye amesiwo dze ŋgɔ la, blu ɖe eta bena, wòazi ɖoɖoe: ke eya do ɣli wu tsãtɔ bena: Dawid vi lee, kpɔ nye nublanui! Eye Yesu tɔ ɖe tsitre, eye wòde se be, woakplɔe ava ye gbɔe: eye esi wòte va egbɔ la, ebiae bena: Nuka dim nèle, be mawɔ na wò mahã? Eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, bena makpe nu! Eye Yesu gblo nɛ bena: Kpɔ nu, wò xɔse la ɖe wò. Eye enumake wòkpɔ nu, eye wòdze eyome le Mawu kafum, eye dukɔ la katã, esi wokpɔe la, wotsɔ kafukafu na Mawu.

Luka 22:50-51

Eye wo dometɔ ɖeka da yi nunɔlagã la ƒe dɔla, eye wòkpa eƒe nuɖusimeto. Ke Yesu xɔ dzi gblɔ bena: Mina mɔ wo, be woayi dzi nenema. Eye wòde asi eƒe to ŋu, eye wòda gbe eŋu.

Luka 24:6

Mele afisia o, ke boŋ etsi tre; mido ŋku edzi, alesi wògblɔ na mi, esime wogale Galilea la bena:

Yohanes 2:3-11

Eye esi wein mede wo nu o la, Yesu dada gblɔ nɛ bena: Wein mele wo si o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o. Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe. Woɖi kpezɔ ade ɖe afima le Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔa nu; ɖesiaɖe xɔa tɔmedeze eve alo etɔ̃. Yesu gblɔ na wo bena: Midu tsi ɖe zɔawo me. Eye woɖui ɖe wo me vaseɖe keke wo to ke. Eye wògblɔ na wo bena: Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la. Eye wokui yi nɛ. Ke esi nuɖuɖudzikpɔla la ɖo tsi, si trɔ zu wein, kpɔ la, — eye menya afisi wòtso o, hafi subɔla, siwo ku tsi la vɛ la, woawo nyae — tete nuɖuɖudzikpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la, eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi. Esia nye Yesu ƒe dzesiwo ƒe gɔmetoto, si wòwɔ le Kana le Galilea, eye wòɖe eƒe ŋutikɔkɔe la ɖe go fia, eye eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.

Yohanes 2:23

Eye esi wòle Yerusalem le ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuƒe la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ dzi se, esi wokpɔ eƒe dzesi, siwo wòwɔ.

Yohanes 3:2

Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.

Yohanes 4:46-53

Ale wògava Kana le Galilea, afisi wòtrɔ tsi wòzu wein le. Ke fiaŋutimea ɖe li, amesi ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum. Esi wose bena, Yesu tso Yudea va Galilea la, eyi egbɔ, eye wòɖe kuku bena, neva, eye woada gbe le ye vi ŋu; elabena eɖo kudo nu. Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Ne menye dzesiwo kple nukunuwo miekpɔ o la, miexɔnɛ sena o. Fiaŋutime la gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, va, hafi vinye la naku! Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, viwò le agbe. Eye ame la xɔ nya, si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòyi. Ke esi wòyina la, eƒe dɔlawo va kpee, eye woka eta nɛ bena: Viwò la tsi agbe. Tete wòbia gaƒoƒo, si dzi wòka ɖe eme nɛ la wo tsitotsito. Eye wogblɔ nɛ bena: Etsɔ le gaƒoƒo adrelia dzi ŋudza la dzo le edzi. Tete fofoa dze sii bena, enye gaƒoƒo ma, si dzi Yesu gblɔ ne bena: Viwò la le agbe, eye eya ŋutɔ xɔe se kple eƒeme blibo katã.

Yohanes 5:2-9

Ke taa ɖe le Yerusalem le alẽgboa ŋuti, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Betesda, esi ŋu akpata atɔ̃ le. Akpata siawo me dɔlélawo ƒe ha: Ŋkuagbãtɔwo, xɔdrɔ̃wo, titilélawo mlɔna henɔa tsi la ƒe bublu lalam. — Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. — Ke amea ɖe, si le ɖɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi sɔŋ la, le afima. Esi Yesu kpɔ eyama le anyimlɔƒe, eye wonyae bena, enɔ anyi alea eteƒe didi la, egblɔ nɛ bena: Ele didim bena, wò lãme nasẽ mahã? Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ bena: Aƒetɔ, amea ɖeke mele asinye, bena ne woblu tsia la, wòakɔm ada ɖe ta la me o, ke ne megbɔna la, kasia ame bubu trea emedzedze nam. Yesu gblɔ nɛ bena: Tsi tre, naka wò aba dzi, eye nazɔ azɔli! Eye ame la ƒe lãme sẽ enumake, eye wòkɔ eƒe aba dzi hezɔ azɔli. Ke ŋkeke ma enye Sabat.

Yohanes 6:2

Eye ameha gãa ɖe dze eyome, elabena wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ na dɔlélawo.

Yohanes 6:5-14

Azɔ esi Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ bena, ameha gãa de gbɔna ɖe ye gbɔ la, egblɔ na Filipo bena: Afika míaƒle abolo le, bena amesiawo naɖu mahã? Ke egblɔ esia, be wòadoe akpɔ; elabena eya ŋutɔ nya nusi wɔ ge wòala. Filipo ɖo ŋu nɛ bena: Abolo denario alafa eve hã mele wo nu ɖe ge, bena wo dome ɖesiaɖe naxa via ɖe o. Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simon Petro nɔvi la, gblɔ nɛ bena: Ɖekakpuia ɖe le afii, eye lubolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le esi; gake nuka wònye na ame geɖe siawo mahã? Yesu gblɔ bena: Mina ameawo nabɔbɔ nɔ anyi. Ke gbe mumu geɖe le afima. Eye ŋutsu, siwo ƒe xexlẽme nu anɔ akpe atɔ̃ la, bɔbɔ nɔ anyi. Eye Yesu tsa aboloawo heda akpe le wo ta, eye wòtso wo na amesiwo le anyinɔƒe; nenema ke hã wòna tɔmelã memee wo geɖe alesi nu dim wole. Ke esi woɖi ƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Miƒo kakɛ, siwo susɔ la, nu ƒu, bena naneke nagagblẽ o. Tete woƒo wo nu ƒu, eye lubolo atɔ̃, siwo ameawo ɖu la, ƒe kakɛ, siwo susɔ la, yɔ kevi wuieve fũ. Azɔ esi ameawo kpɔ dzesi, si wowu la, wogblɔ bena: Vavã amesia nye nyagblɔɖila, si gbɔna ɖe xexeame.

Yohanes 6:19-21

Eye esi woku ʋu la anɔ stadio blave vɔ atɔ̃ alo blaetɔ̃ la, wokpɔ Yesu le ƒua dzi zɔm gbɔna, eye wòle tetem ɖe nu la ŋu, eye wovɔ̃. Ke egblɔ na wo bena: Nyee nye esi, migavɔ̃ o hee! Eye esi woɖi bena, yewoaxɔe ɖe ʋu la me la, kasia ʋu la ɖi go ɖe anyigba, si dzi yim wole la.

Yohanes 8:59

Tete wofa kpewo, be yewoaƒui; ke Yesu ɣla eɖokui, eye wòdo go le mawuƒe la me.

Yohanes 9:1-8

Eye esi wòle eme tsom yina la, ekpɔ amea ɖe, si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke. Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae bena: Rabi, ameka wo nuvɔ̃, amesia loo, alo eƒe dzilawo bena, wodzii ŋkugbagbãe mahã? Yesu do ŋu bena: Menye amesia alo eƒe dzilawoe wo nuvɔ̃ o, ke boŋ bena woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia le eyama me. Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. Esi mele xexeame la, xexeame ƒe kekeli menye. Esi wògblɔ esiawo la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wotsɔ ta la henyã anyi, eye wòtsɔ anyi la hesisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Yi, nale tsi le Siloa-ta la me (si gɔme enye wodɔe ɖa). Tete wòyi ɖale tsi la, eye wòva le nu kpɔm. Eyata eƒe aƒelikawo kple amesiwo kpɔe tsã bena, nubiala wònye la, gblɔ bena: Ɖe menye amesia nɔ anyi henɔa nu biam la o mahã?

Yohanes 9:32-33

Tso xexemedzɔgbe taa la womese kpɔ bena, amea ɖe ʋu ŋkuwo na amesi wodzi ŋkugbagbã o. Ɖe amesia metso Mawu gbɔ o la, ne mate ŋu awɔ naneke o.

Yohanes 11:39-44

Yesu gblɔ bena: Mikɔ kpe la da! Amesi ku la ƒe nɔvinyɔnu Marta gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ. Yesu gblɔ nɛ bena: Ɖe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, èkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã? Tete wokɔ kpe la da. Ke Yesu wu eƒe mo dzi, eye wòbena: Fofo, meda akpe na wò bena, èdoa tom. Nye la menyae bena, edoa tom ɖaasi; ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòedɔm ɖa. Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go! Eye eme kuku, si ƒe afɔwo kple asiwò le babla la, do go kple ameɖivɔwo, eye laku bla ŋku me nɛ. Yesu gblɔ bena: Mitui, eye mina wòayi.

Yohanes 11:47

Tete la nunɔlagãwo kple farisitɔwo kpe ta ɖe adaŋudeƒe, eye wogblɔ bena: Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm.

Yohanes 12:37

Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o,

Yohanes 14:11-12

Mixɔm se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye; ke ne menye nenem o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔawo ta. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.

Yohanes 14:13-14

Eye nusi ke míabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me. Ne míabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la màwɔe.

Yohanes 15:7

Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.

Yohanes 20:19-20

Azɔ esi kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ma ƒe fiẽsi ɖo, eye afisi nusiawo le la ƒe ʋɔtru le tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la, Yesu va tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Eye esi wògblɔ esiawo la, etsɔ eƒe asiwò kple eƒe axada me hefiã wo. Ke esi nusrɔ̃lawo kpo Aƒetɔ la la, dzi dzo wo.

Yohanes 20:25-28

Tete nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ bena: Miekpɔ Aƒetɔ la. Ke egblɔ na wo bena: Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asi me, eye metso nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axada me o la, nyemele exɔ ge ase o. Eye le ŋkeke enyi megbe la nusrɔ̃lawo gale xa ma me, eye Toma le wo dome. Yesu va, eye ʋɔtruawo le tutu, eye wòle tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ bena: Ŋutifafa na mi! Esia megbe la egblɔ na Toma bena: Do wò asibide ɖe afii, eye nakpɔ nye asiwo ɖa, eye do wò asi ɖa, eye naƒo ɖe nye axada me, eye megazu maxɔsetɔ o, ke boŋ xɔsetɔ. Toma ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!

Yohanes 20:30

Eye dzesi bubu geɖewo hã Yesu wɔ le eƒe nusrɔ̃lawo ŋku me, esiwo womeŋlɔ de agbalẽ sia me o;

Yohanes 21:3-11

Simon Petro gblɔ na wo bena: Meyina to ƒo. Wogblɔ nɛ bena: Míawo hã míayi kpli wò. Wodo go, eye woɖo ʋu la, eye womeɖe naneke le zã ma me o. Ke esi fɔŋli ɖo la, Yesu le tsitre ɖe ƒu la nu; gake nusrɔ̃lawo menyae bena, Yesu ye o. Tete Yesu gblɔ na wo bena: Ɖeviwo lee, lã mele mia si o mahã? Woɖo ŋu nɛ bena: O! Egblɔ na wo bena: Miɖi ɖɔ la ɖe ʋu la ƒe nuɖusi me, eye miaɖee. Tete woɖii, eye womete ŋu le ehem o le lã geɖe, si wode la ŋuti. Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo. Ke nusrɔ̃la bubuawo le ʋuvi la me va; elabena woawo kple gota dome medidi o, anɔ abɔ alafa eve ko, eye wole ɖɔ, si yɔ fũ kple lãwo la hem. Eye esi woɖi go la, wokpɔ akadzo le afima, eye lã kple abolo le edzi. Yesu gblɔ na wo bena: Mitso lã, si mieɖe fifia la, ƒe ɖe vɛ. Simon Petro yi ɖalia ʋu la, eye wòhe ɖo la va gota, eye wòyɔ fũ kple lã gã alafa kple blaatɔ̃ vɔ etɔ̃, eye esi wosɔ gbɔ ale hã la, ɖo la medze o.

Yohanes 21:20-23

Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la, si Yesu lɔ̃na la, le eyome dzem, amesi hã via ɖe ekɔme le nuaɖuƒe, eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, amekae nye amesi le yowòme mɔ fia geã? Azɔ esi Petro kpɔ eyama la, egblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, ke amesia ɖe? Yesu gblɔ nɛ bena: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wotsɔa? Wò la dze yonyeme! Tete nya sia ɖo nɔviawo dome bena, nusrɔ̃la ma mele kuku ge o; eye Yesu megblɔ ne bena, mele kuku ge o, ke boŋ: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa?

Yohanes 21:25

Ke nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ lãgbalẽ, siwo ŋlɔ ge wòala o.

Dɔwɔwɔwo 1:3

amesiwo hã wòtsɔ eɖokui fia agbagbe le eƒe fukpekpe la megbe to dzesi kɔte geɖewo me, eye wòna wokpɔe le ŋkeke blaneawo me, eye wòle nu ƒom le mawufiaɖuƒe la ŋuti.

Dɔwɔwɔwo 1:8-9

Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke. Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me.

Dɔwɔwɔwo 2:2-6

Eye kasia gbea ɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Eye aɖe mamãwo ɖo ɖe wo gbɔ lé abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka. Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ya wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene. Eye Yudatɔa ɖewo nɔ Yerusalem, ŋutsu, siwo vɔ̃a Mawu la, wotso dukɔ, siwo katã le dziƒo te la me. Ke esi gbe sia ɖi la, ameha la ƒo zi va kpe ta, eye woƒe nu ku, elabena amesiame se wole ye ŋuta degbe gblɔm.

Dɔwɔwɔwo 2:17-20

„Eye ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo. Eye le ŋkeke mawo me la matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye dɔlaŋutsuwo kple nye dɔlanyɔnuwo hã dzi, eye woagblɔ nya ɖi. Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu, eye dzesiwo nado ɖe anyigba dzi, ʋu kple dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ. Ye latrɔ zu viviti, eye ɣleti latrɔ zu ʋu, hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke la nava ɖo.

Dɔwɔwɔwo 2:22

Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;

Dɔwɔwɔwo 2:43

Eye vɔvɔ̃ gã va amewo katã dzi, eye apostolowo wɔ nukunuwo kple dzesi geɖewo le Yerusalem.

Dɔwɔwɔwo 3:2-11

Eye wotsɔ ŋutsua ɖe, si nye tekunɔ tso dadaa ƒe dome ke la ve, amesi wotsɔna dana ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru, si woyɔna be nyui la nu gbesiagbe, be wòabia nu le amesiwo yina ɖe mawuxɔa me la si. Eya la, esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe mawuxɔa me la, ebia nunana wo. Ke Petro kple Yohanes wokpɔe du gblɔ bena: Kpɔ mi ɖa! Eye wòlé ŋku ɖe wo dzi gã, bu xa bena, yeaxɔ nane le wo si. Ke Petro gblɔ bena: Klosalo kple sika mele asinye o; gake nusi le asinye la, eya mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me tsi tre, eye nazɔ azɔli! Eye esi wòlé eƒe nuɖusi la, ekɔe ɖe dzi, eye enumake ŋusẽ ɖo eƒe afɔwo kple afɔkɔewo me. Eye woti kpo hele tsitre nu, eye wozɔ azɔli; eye wòyi ɖe mawuxɔa me kpli wo le tsatsam hele du ƒum, eye wòle Mawu kafum. Eye dukɔ blibo la katã kpɔe wòle azɔli zɔm, eye wòle Mawu kafum. Ke wodze sii bena, eyae nye amesi nɔ anyi ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru nyui la nu le nubiabia ta, eye wotsi yaa, eye kuvia ɖo wo ŋutɔ le nusi va; ve me la ŋuti. Eye esi wòmiã eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu la, dukɔ blibo la katã si du va ƒo ƒu ɖe wo gbɔ le akpata, si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me, eye woƒe nu ku.

Dɔwɔwɔwo 3:12

Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?

Dɔwɔwɔwo 3:16

Eye eƒe ŋkɔ la do ŋusẽ amesia, si kpɔm miele, eye mienya la, hena eƒe ŋkɔ dzi xɔse; eye dzixɔse, si to eyama dzi la, na lãmesesẽ blibo sia le mi katã ƒe ŋku me.

Dɔwɔwɔwo 4:13-16

Ke esi wokpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, eye wose bena, ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo wonye la, woƒe mo wɔ yaa, eye wodze si wo hã bena, woa kple Yesu wonɔ anyi. Eye esi wokpɔ amesi ŋu woda gbe le, le tsitre ɖe wo gbɔ la, nyaa ɖeke mele wo si woagblɔ ɖe eŋuti o. Ke esi wona wodo go tso ʋɔnua me la, wode adaŋu le wo nɔewo dome gblɔ bena: Nuka miawɔ ame siawoa? Elabena vavã, dzesi, si wowɔ la, amewo nyae, eye wòdze ƒã na amesiwo katã nɔ Yerusalem; eye miate ŋu asẽ nu le eŋu o.

Dɔwɔwɔwo 4:29-31

Eye azɔ, Aƒetɔ, kpɔ woƒe ŋɔdzidodowo ɖa, eye nana be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã, le esi me be, nado wò asi ɖa hena dɔyɔyɔ, eye bena dzesiwo kple nukunuwo nava me to wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ dzi. Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.

Dɔwɔwɔwo 5:1-11

Ke ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Anania, kple srɔ̃a Safira wotsɔ anyigba dzra, eye wotsɔ ga la ƒe ɖe ɣla, nusi me srɔ̃a hã nya, eye wotsɔ eƒe ɖe va da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu. Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã? Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ. Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi. Eye ɖekakpuiawo tsi tre, eye wodzrae ɖo, eye wotsɔe do go yi ɖaɖi. Eye wòva me anɔ ga ƒoƒo etɔ̃ megbe, eye srɔ̃a, si menya nusi va dzɔ o la, va me. Eye Petro xɔ dzi nɛ bena: Gblɔe nam, nenye nenemae miedzra anyigba la xɔ. Ke eya gblɔ be: Ẽ, nenemae. Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe. Tete wòdze anyi enumake ɖe eƒe afɔ nu, eye eƒe agbe nu tso. Eye esi ɖekakpuiawo va me la, wokpɔ bena, eku, eye wotsɔe do go ɖaɖi ɖe srɔ̃a gbɔ. Eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze hame blibo la katã kple amesiwo katã se nusiawo la dzi.

Dɔwɔwɔwo 5:12-16

Eye dzesi kple nukunu geɖewo va me le dukɔ la dome to apostolowo ƒe asi dzi. Eye wo katã wonɔ anyi kple tame ɖeka le Salomo ƒe akpata la me. Ke amesiwo susɔ la, wo dometɔa ɖeke meɖoa dzi tena ɖe wo ŋu o, hafi boŋ dukɔ la bua wo ŋutɔ. Ke ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ; nenem bena wotsɔ dɔlélawo hã do go va ablɔ me, eye wotsɔ wo mlɔ abawo kple abatiwo dzi, bena ne Petro gbɔna la, eƒe vɔvɔli ɖeɖeko nadze wo dometɔa ɖe dzi. Eye amehawo tso du, siwo ƒo xlã Yerusalem la hã me ƒo ƒu. Eye wotsɔ dɔlélawo kple amesiwo gbɔgbɔ makɔmakɔwo le fu ɖem na la vɛ, eye woda gbe le wo katã ŋu.

Dɔwɔwɔwo 5:19-25

Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena: Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me. Eye esi wosee la, woto dzi yi mawuxɔ me le ŋdikanya, eye wòfiã nu. Ke nunɔlagã kple amesiwo le eŋu la, wova, eye woyɔ adaŋudelawo kple Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo katã va ƒo ƒu, eye wodo ɖo ɖe gaxɔ me, be woakplɔ wo vɛ. Ke esi atikplɔtɔwo de, eye womekpɔ wo le gaxɔa me o la, wogbugbɔ va gblɔ bena: Míekpɔ gaxɔa wòle tutu nyuie pɛ, eye dzɔlawo le tsitre le ʋɔtrua nu; gake esi míeʋui la, míekpɔ amea ɖeke le eme o. Eye esi mawuxɔdzikpɔla kple nunɔlagãwo se nya siawo la, wotsi dzodzodzoe le wo ŋuti bena: Nuka goe nye esia? Ke amea ɖe va ka eta na wo bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu, siwo mietsɔ de gaxɔ me la, wole tsitre ɖe mawuxɔ me, eye wole nu fiãm dukɔ la.

Dɔwɔwɔwo 6:8

Ke Stefano, si yɔ fũ kple amenuveve kple ŋusẽ la, wo nukunuwo kple dzesi gãwo le dukɔ la dome.

Dɔwɔwɔwo 6:15

Eye amesiwo katã bɔbɔ nɔ ʋɔnua la, esi wòlé ŋku ɖe edzi gã la, wokpɔ eƒe mo abe mawudɔlaa ɖe ƒe mo ene.

Dɔwɔwɔwo 7:30

Eye le ƒe blane megbe la Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le Sinai-tɔ la ƒe gbedzi le dzo ƒe aɖe me le ŋuve me.

Dɔwɔwɔwo 7:36

Amesia kplɔ wo do goe, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte-nyigba dzi kple Ƒudzie la nu kpakple gbedzi ƒe blane sɔŋ.

Dɔwɔwɔwo 8:6-8

Eye amehawo ɖo to nusi Filipo gblɔ la kple tame ɖeka, esi wosee, eye wokpɔ dzesi, siwo wòwɔ. Elabena ame geɖe, siwo me gbɔgbɔ makɔmakɔwo le la, do go hele ɣli dom kple gbe sesẽ; eye wòda gbe le tekunɔwo kple dɔnɔ geɖewo ŋu. Eye wòzu dzidzɔ gãa ɖe le ɖu ma me.

Dɔwɔwɔwo 8:13

Ke Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye esi wode mawutsi ta ne la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli; eye esi wòkpɔ dzesi kple ŋusẽdɔ gã, siwo wɔm wòle la, kuvia ɖoe.

Dɔwɔwɔwo 8:39-40

Ke esi wodo go le tsia me la, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ la tsɔ Filipo dzoe, eye aƒedzikpɔla la megakpɔe o; elabena edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ. Eye wokpɔ Filipo le Asdod, eye wòle tsatsam hele nyanyuie la gblɔm fia le duawo katã me vaseɖe Kaisarea.

Dɔwɔwɔwo 9:3-9

Ke esi wòle mea dzi, eye wògogo Damasko la, kasia keklẽ tso dziƒo klẽ ƒo xlãe; eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima? Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu. Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò. Ke ŋutsu, siwo le mɔ zɔm kplii la, tsi tre ɖi nu maƒomaƒoe; wole gbe la sem, gake womelé amea ɖeke kpɔm o. Tete la Saul tsi tre tso anyigba; ke esi wòdu ŋku la, mekpɔ amea ɖeke o, eye wòlé eƒe alɔnu, eye wokplɔe yi Damasko. Eye ŋkeke etɔ̃ sɔŋ mekpɔ nu kpɔ o, meɖu naneke o, eye meno naneke hã o.

Dɔwɔwɔwo 9:17-18

Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ. Eye enumake ewɔ abe nanee ge tso eƒe ŋkuwo dzi abe tsrowo ene, eye wògakpɔ nu; eye esi wòtsi tre la, wode mawutsi ta nɛ;

Dɔwɔwɔwo 9:33-35

Eye afima wòkpɔ ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Ainea, amesi mlɔ eƒe aba dzi ƒe enyi sɔŋ, elabena ele lãmetutudɔ lém. Eye Petro gblɔ nɛ bena: Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò: tsi tre, eye wò ŋutɔ naɖo wò aba! Eye enumake wòtsi tre. Eye amesiwo katã nɔ Lida kple Saron la kpɔe, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.

Dɔwɔwɔwo 9:37-42

Ke eva me le ŋkeke mawo me bena, elé dɔ, eye woku; eye esi wole tsi nɛ la, wokɔe da ɖe dziƒoxɔ me. Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o. Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam. Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi. Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee. Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se.

Dɔwɔwɔwo 10:38

Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.

Dɔwɔwɔwo 12:4-11

Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe. Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta. Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm. Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu. Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye nado wò atokotawo! Eye wòwɔ nenema. Eye wògblɔ ne bena: Do wò awu ʋlaya la, eye nadze yonyeme. Eye wòdo go dze eyome, eye menyae bena, nusi va me to mawudɔla dzi la, ele me vavã o, ke ebu xa bena, ŋutega yekpɔ. Ke esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu yi la, wova gagbo, si dze ŋgɔ dua la nu, eye eya ŋutɔ ʋu eɖokui na wo; eye esi wodo go la, woto ablɔ ɖeka me, eye kasia mawudɔla la dzo le egbɔ. Eye esi Petro ƒe mo kɔ la, egblɔ bena: Azɔ menyae vavã bena, Aƒetɔ la dɔ eƒe dɔla ɖa, eye wõɖem tso Herodes si me kpakple Yudatɔwo katã ƒe mɔkpɔkpɔ me.

Dɔwɔwɔwo 13:8-12

Ke afakala Elima (elabena nenema woɖe eƒe ŋkɔ la gɔme) tsi tre ɖe wo ŋu, eye wòdi bena, yeatrɔ dua me dziɖula atso xɔse la me. Tete la Saul, si woyɔna hã be Paulo, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ fũ la, lé ŋku ɖe edzi gã gblɔ bena: Oo, abosamvi, wò amesi yɔ fũ kple alakpa kpakple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ katã, dzɔdzɔenyenyewo katã ƒe ketɔ, ɖe midzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔewo tɔtrɔ oa? Eye azɔ la kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe asi ava dziwò, eye wò ŋku agba, eye magakpɔ ɣe o vaseɖe ɣeyiɣia ɖe dzi. Eye enumake afu kple viviti dze edzi, eye wòle asi tsam le amesi alé eƒe alɔnu akplɔe la dim. Tete esi dua me dziɖula kpɔ nusi va ve me la, exɔe se, eye kuvia ɖoe le Aƒetɔ la ƒe nufiafia ŋuti.

Dɔwɔwɔwo 14:3

Gake la wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo le Aƒetɔ la me, eya amesi ɖi ɖase le eƒe amenuvevenya la ŋuti, le esime wòna wowɔ dzesiwo kple nukunuwo to woƒe asiwo dzi.

Dɔwɔwɔwo 14:8-10

Eye ŋutsua ɖe le Listra le anyinɔƒe, si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso keke dadaa ƒe dɔme ke; amesi mezɔ azɔli kpɔ o. Eya se Paulo ƒe nuƒoƒo, amesi lé ŋku ɖe edzi gã, eye esi wòkpɔ bena, xɔse le esi be, woayɔ dɔe la, egblɔ kple gbe sesẽ bena: Tsi tre, nadzɔ ɖe wò afɔwo dzi! Eye wòdzo kpo, eye wòzɔ azɔli.

Dɔwɔwɔwo 15:12

Tete ameha blibo la katã zi ɖoɖoe, eye woɖo to Barnaba kple Paulo ƒe nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo dome la ŋuti.

Dɔwɔwɔwo 16:25-27

Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo. Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu. Tete gaxɔdzikpɔla ɖi vo tso alɔ me; eye esi wòkpɔ bena, gaxɔla ƒe ʋɔtruawo le nuvo la, edi yi, be yeawu ye ɖokui.

Dɔwɔwɔwo 19:11-12

Eye Mawu wo ŋusẽdɔ, siwo mele sue o la, to Paulo ƒe asi dzi, ale bena wotsoa takuwo kple akɔtawuiwo hã doa eŋu hedana ɖe dɔlélawo dzi, eye dɔawo vɔna, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.

Dɔwɔwɔwo 20:9-12

Eye ɖekakpuia ɖe, eŋkɔe nye Eutixo, bɔbɔ nɔ fesre nu: eye wòɖo alɔ yi me ʋĩ le Paulo ƒe nyagbɔgblɔ didi la ŋuti; esi alɔ̃ mui la, ege tso dzisasra etɔ̃lia dzi va dze anyi, eye woyi ɖakɔe wòku. Ke esi Paulo ɖi yi anyigba la, edze edzi helee alɔ eve gblɔ bena: Migawɔ hoo o; elabena eƒe luʋɔ la le eme. Eye esi wogayi dziaƒo la, eŋe abolo, eye woɖu, eye wògaƒo nu geɖe na wo vaseɖe fɔŋli me, eye ale wòdzo. Ke wokplɔ ɖevi la vɛ agbagbe, eye menye akɔfafa ʋeea ɖe wokpɔ o.

Dɔwɔwɔwo 28:3-6

Ke esi Paulo fɔ nake wuwluiwo ƒo ƒu heɖe dzo me la, da do tso wo me le dzoxɔxɔ la ŋuti, eye wòlé ɖe eƒe asi ŋu. Ke esi afimatɔwo kpɔ lã la xatsa ɖe eƒe asi ŋu la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesia nye hlɔ̃dola, eye esi wòkpɔ ɖeɖe tso ƒu me hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia meɖe mɔ ne be, wòanɔ agbe o. Gake eya ʋuʋu lã la ɖe dzo la me, eye nu vevia ɖeke mewɔe o. Ke woawo le mɔ kpɔm nɛ bena, ate alo adze anyi aku enumake; eye esi wolala ʋuu, eye wokpɔ bena, naneke mewɔe o la, wotrɔ woƒe tamesusu hegblɔ be, mawua ɖee.

Dɔwɔwɔwo 28:7-9

Eye le afima nuto me la anyigbae ɖe li, si nye ƒukpo la ƒe amegã, si ŋkɔ nye Publio la tɔ; eya xɔ mí nyuie hewɔ amedzro na mí ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Eye wòva me bena, Publio fofo mlɔ anyi le ŋudza lém, eye wòle sisi ɖem, eye Paulo yi ɖe egbɔ, eye wòdo gbe ɖa hetsɔ eƒe asi ɖa ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe. Azɔ esi esia va me la, ame mamlɛ, siwo le dɔwo lém le ƒukpoa dzi la, hã va egbɔ, eye wòyɔ dɔ wo,

Romatɔwo 10:17

Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana.

Romatɔwo 15:19

le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.

Korintotɔwo I 1:22-24

Elabena Yudatɔwo biaa dzesiwo, eye Helatɔwo ɖia nunya yome; ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo; ke hena wo amesiwo woyɔ la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, mieɖea gbe ƒã Kristo, si nye Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la.

Korintotɔwo I 2:1-5

Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o. Elabena nyemebu bena, menya nane le mia dome o, negbe Yesu Kristo ko, amesi kekeake woklã ɖe atitsoga ŋu la. Eye mena mia gbɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me; eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me, bene miaƒe xɔse la naganɔ amewo ƒe nunya me o, hafi nenɔ Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ.

Korintotɔwo I 12:7-11

Ke wotso Gbɔgbɔ ƒe ɖeɖefia na amesiame, bene wòanyo na amewo katã. Elabena woto Gbɔgbɔ la dzi tso nunya ƒe nya na amea ɖe, ame bubu la sidzedze ƒe nya le Gbɔgbɔ ma ke nu, ame bubu la xɔse le Gbɔgbɔ ma ke me; ame bubu la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo le Gbɔgbɔ ɖeka ma me; ame bubu la nukudɔwɔwɔwo, ame bubu la nyagbɔgblɔɖi, ame bubu la gbɔgbɔwo dodokpɔ, ame bubu la gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo, ame bubu la gbe bubu ƒomeviwo ƒe gɔmeɖeɖe; gake Gbɔgbɔ ɖeka mao wɔa nusiawo katã, eye wòmã nu na amesiame wo tɔxɛ wo tɔxɛ, abe alesi wòlɔ̃na ene.

Korintotɔwo I 12:28-31

Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo. Ã, wo katãe nye apostolowoa? Ã, wo katãe nye nyagblɔɖilawoa? Ã, wo katãe nye nufialawoa? Ã, wo katã si ŋusẽdɔwɔwɔ léa? Ã, wo katãe kpɔ dɔyɔyɔwo ƒe amenuvevenunanawoa? Ã, wo katãe gblɔa gbe bubu ƒomeviwoa? A, wo katãe ɖea nya gɔmea? Midi amenuvevenunana nyuitɔwo vevie, eye hekpe ɖe esia ŋuti la mafia mɔ nyuitɔ mi!

Korintotɔwo I 13:1-2

Nenye ɖe metso amewo kple mawuɖɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo ƒoa nu, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne mele abe ayawagba, si ɖina alo abe gaƒoƒo, si ɖina la ene. Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.

Korintotɔwo I 14:1-6

Miti lɔlɔ̃ yome; ke midi gbɔgbɔ me nuwo vevie: vevietɔ bena miagblɔ nya ɖi. Elabena amesi tsɔa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, meƒoa nu na amewo o, ke na Mawu boŋ; elabena amea ɖeke mesene o, ke gbɔgbɔ me wòle nya ɣaɣlawo gblɔm le; ke amesi le nya gblɔm ɖi la, eƒoa nu na amewo hegblɔa amedoɖeŋgɔgbenya, nuxlɔ̃menya kple akɔfafanyawo. Amesi tsɔa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, edoa eɖokui ɖe ŋgɔgbe; ke amesi le nya gblɔm ɖi la, edoa hame la ɖe ŋgɔgbe. Ke mele didim bena, mi katã miatso gbegbɔgblɔwo aƒo nu; ke mele didim wu be, miagblɔ nya ɖi; elabena amesi gblɔa nya ɖi la, ewu amesi tsoa gbegbɔgblɔwo ƒoa nu la sa, negbe ɖeko wòaɖe egɔme, bene hame la nakpe ŋgɔgbedede. Ke azɔ la, nɔviwò, nenye ɖe meva mia gbɔ tsɔ gbegbɔgblɔwo le nu ƒom la, viɖe ka wòanye na mi, ne menye ɖe maƒo nu na mi le nyaɖeɖefia me alo sidzedze me alo nyagbɔgblɔɖi me alo nufiafia me o mahã?

Korintotɔwo I 14:22-25

Eyata gbegbɔgblɔwo nye dzesi, menye na xɔsetɔwo o, ke na dzimaxɔsetɔwo boŋ; gake nyagbɔgblɔɖi mele na dzimaxɔsetɔwo o, ke na xɔsetɔwo boŋ. Azɔ la nenye hame blibo la katã va kpe ta ɖe afi ɖeka, eye amewo katã tsɔ gbegbɔgblɔ ƒo nu, eye numanyamanyatɔwo alo dzimaxɔsetɔwo ava ge ɖe eme la, womagblɔ bena, tsu kum miele o mahã? Ke nenye wo katã gblɔa nya ɖi, eye dzimaxɔsetɔ alo numanyamanyatɔa ɖe va ge ɖe eme la, wo katã woaƒo nya ɖe enu wòagloe, eye wo katã woadrɔ̃ ʋɔnui, eye eƒe dzimenya ɣaɣlawo adze ƒã, eye ale wòatsɔ mɔ atsyɔ anyi, eye wòado gbe ɖa na Mawu, eye wòaɖe gbe ƒã bena, Mawu le mia dome vavã.

Korintotɔwo I 14:39

Eyata, nɔviwo, midi nyagbɔgblɔɖi vevie, eye migagbe gbebɔgblɔ o.

Korintotɔwo 12:12

Ke mewo apostolo ƒe dzesiwo le mia dome le dzidodo katã me, le dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽdɔwɔwɔwo me.

Efesotɔwo 3:20

Ke amesi tea ŋu wɔna wua nusianu geɖe wua nusiwo katã míebiana alo míedzea si le ŋusẽ, si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le mía me nu la,

Hebritɔwo 2:4

eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.

Hebritɔwo 11:1

Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.

Hebritɔwo 11:6

Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.

Yakobo 1:6

Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.

Yakobo 5:14-16

Ne mia dome amea de ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye wòasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee. Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe.

Yakobo 5:17-18

Eliya nye ame, eye nu venɛ abe míawo ene, eye wòɖo gbea ɖe ɖa, bena tsi nagadza o, eye tsi megadza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade sɔŋ. Eye wògado gbe ɖa, eye dziƒo na tsi dza, eye anyigba gatse eƒe kutsetse.

Nyaɖeɖefia 1:12-16

Eye metrɔ be, makpɔ gbe, si ƒo nu kplim la. Eye esi metrɔ la, mekpɔ sikakaɖiti adre, eye le sikakaɖiti adreawo titina la amea ɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wotsɔ sikalidziblanu bla akɔta. Eye teƒe ta kple eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu ɣi ene, eye abe sno ene, eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo ɖi gadzẽ, si wode kpodzo me wòbiã hẽ, eye eƒe gbe le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene. Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.

Nyaɖeɖefia 21:1-2

Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o. Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.

Ewe - Eʋegbe - EE

EWERV - Bible Ewe Revised Version - 1913

This Bible text is Public Domain.
https://www.bible.com/audio-bible-app-versions/2259-ewerv-bible-in-éwé-revised-version-1913/
Languages are made available to you by www.ipedge.net