01 – Biblia Kɔkɔe la
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Biblia Kɔkɔe la.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Biblia Kɔkɔe la.
Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me,
”Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o.
”Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.
”Eye Mawu kpɔ kekelia bena enyo. Eye Mawu ma kekeli la kple viviti la dome.
”Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã?
”Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la,
”Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa.
”Eye Mose yi ɖagblɔ Yehowa ƒe nyawo katã kple ɖoɖoawo katã na dukɔ la. Tete dukɔ la katã ɖo ŋu yoo gblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe! Eye Mose ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo katã, eye wòtso ŋdi kanya ɖaɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo dzesikpe wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu ɖe to la te.
”Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?
”Migatsɔ nyaa ɖeke kpe se, siwo ɖe ge mala na mi la o, eye migaɖe ɖeke le edzi o; ke boŋ miwɔ Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo de ge mala na mi la dzi.
”Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi. Milé ŋku ɖe wo ŋu, eye miawɔ wo dzi, elabena woawo nye miaƒe nunya kple gɔmesese le dukɔwo ŋku me, amesiwo ne wose ɖoɖo siawo katã la, woagblɔ bena: Ahã, dukɔ sia enye ame nyanuwo kple nugɔmeselawo vava!
”Eye megaŋlɔ gbesigbe netsi tre ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le Xoreb gbɔ la be o, esime Yehowa gblɔ nam be: Ƒo dukɔ la nu ƒu nam, bena wòase nye nyawo, ne wòanya, alesi woavɔ̃m, ŋkeke alesi wole agbe le anyigba dzi, eye woafia wo wo viwo.
”Elabena Yehowa, wò Mawu la, dzo binu kple Mawu ʋãŋu wònye.
”Milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mi ene, eye migadze ɖe ɖusi alo mia me o;
”Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ. Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome; ŋlɔ wo ɖe wò xɔ ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo nu.
”Eye wòbɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye wonyre wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.
”Wo Yehowa, wò Mawu, ƒe seawo dzi, ne nato eƒe mɔ, eye navɔ̃e.
”Tete Yehowa gblɔ nam bena: Mekpɔ dukɔ sia bena, dukɔ kɔlialiatɔ wònye.
”Eyata Israel, Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, nava Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me; eye nawɔ Yehowa ƒe se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi, bena wòanyo na wò.
”Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.
”Eyata mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ me, mibla wo ɖe asi ŋu abe dzesi ene, eye mibla woɖe ŋgonu le ŋudome. Mifia wo mia viwo, eye miƒo nu le wo ŋu, ne miebɔbɔ no miaƒe aƒewo me, alo miele mɔ dzi, ne miemlɔ anyi, alo miefɔ, eye ŋlɔ wo ɖe wò xa ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo ŋu,
”Kpɔ ɖa, metso yayra kple fiƒode ɖo mia ŋku me egbea. Ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo mede na mi egbe la, anye yayra na mi. Ke ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe seawo o, eye miete ɖa le mo, si meɖo na mi egbe dzi hesubɔ mawu bubu, siwo mienyã o la, anye fiƒode na mi.
”Milé nusiwo katã ŋuti mede se na mi le la me ɖe asi, eye miwo wo dzi; migatsɔ ɖeke kpee o, eye migaɖe ɖeke le edzi o.
”Ne nyagblɔɖila alo drɔ̃ekulaa ɖe ɖo mia dome, eye wòbe, yeawɔ dzesi alo nukunua ɖe na mi, eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be, mina miadze mawu bubu, siwo mienyã o yome, eye miasubɔ wo la, ekema migaɖo to nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o, elabena ɖe Yehowa, mia Mawu la, Me mia dom kpɔ, ne yeadze sii be, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me hã? Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye nuvɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu.
”Eye wòanɔ esi wòaxlẽ le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé se kple ɖoɖo siawo katã me nyawo me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi,
”Egbe sia Yehowa, wò Mawu, le se dem na wò be, nawɔ ɖoɖo kple se siawo dzi: eyata lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.
”Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!
”Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèlé eƒe se, siwo katã meɖe na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, wò Mawu, atsɔ wò aɖo gã ɖe anyigba dzi dukɔwo katã nu.
”Ke ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o, eye melé se kple ɖoɖo, siwo katã megblɔ na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi o la, ekema fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.
”Nusi ɣla enye Yehowa, mía Mawu tɔ, ke nusi le gaglãgbe enye mía kple mia viwo to tegbee, be miawo se sia ƒe nyawo katã dzi.
”Elabena èɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nèle se kple ɖoɖo, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi, eye nètrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu tso wò dzi blibo kple luʋɔ blibo me.
”Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe,
”Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro, siwo le wò duwo me la nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.
”Mitsɔ segbalẽ sia ɖa ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ɖase anɔ afima Elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialia. Kpɔ ɖa, ŋkeke alesi menɔ mia gbɔ la, miesẽ to ɖe Yehowa ŋu vaseɖe fifi; evɔ, ne meku ɖe?
”Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.
”Ɖeko mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe nyateƒetɔe tso miaƒe dzi blibo me, elabena miekpɔ nu gã, si wòwɔ na mi!
”Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o. Saul gblɔ na Samuel bena: Mewɔ nuvɔ̃ be, meda Yehowa ƒe se kple wò nyawo dzi; elabena ɖe mevɔ̃ dukɔ la, eyata mese woƒe gbe ɖo.
”Elabena melé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye nyemewɔ nu vloa ɖeke ɖe nye Mawu ŋu o. Elabena eƒe sewo katã le ŋkunye me, eye nyemeɖe eƒe ɖoɖowo ɖa le gbɔnye o.
”Ke womeɖo to o, hafi boŋ wosẽ ta me abe wo fofo, siwo mexɔ Yehowa, woƒe Mawu dzi se o la ene
”Miyi ɖabia nu ɖe mía kple Israel kple Yuda ƒe ame susɔeawo ta le agbalẽ, si wòfɔ la me nyawo ŋuti. Elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si va mía dzi la, nu sẽ ŋutɔ, le esi mia fofowo melé Yehowa ƒe nyawo me de asi, eye womewɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o ta.
”Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.
”Elabena Ezra tsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.
”Eye amesiwo katã vɔvɔ̃ ɖo le Israel ƒe Mawu ƒe nya, siwo wògblɔ ɖe aboyomeawo ƒe nu tovo wɔwɔ ŋu la, kpe ta ɖe gbɔnye, eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to, vaseɖe esime fiẽnuɖuvɔsaɣi ɖo.
”Ke wogblóna na Mawu be: Te ɖa le mía gbɔ, míele naneke dim, be míanya le wò mɔwo ŋu o.
”Nyemete ɖe aga le eƒe nuyi ƒe sewo ŋu o, eye medzra eƒe nu me nyawo ɖo wu nye ŋutɔ nye se.
”Eye Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me gblɔ bena: Amekae tsɔ nuƒoƒo, si nunyaa ɖeke mele eme o la, blu aɖaŋuɖoɖo mee? Tso, nasa avɔ ɖe ali abe ŋutsu ene; mabia nya wò, eye nafia num! Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe!
”ke boŋ fekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple kelí.
”Yehowa ƒe nyawo dza abe klosalo, si wolólona le kpo me wotstana ɖe anyigba, eye woklɔe zi gbɔ zi adre la ene. Oo, Yehowa, dzra mí ɖo, eye nakpɔ mía ta le dzidzime sia ŋuti tegbee!
”Elabena mele ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye nyemewɔ nu tovo ɖe nye Mawu ŋu o.
”Fɔɖiɖi mele Mawu ƒe mɔ ŋu o, Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso la.
”Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzaa nunya. Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna. Yehowa vɔvɔ̃ dza, eye wònɔa anyi daa; Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ. Wovena wu sika kple sika nyuitɔ geɖe, eye wovivina wu anyitsi kple anyiɖaɖa. Woawo wotsɔ fia mɔnu wò dɔla hã; fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.
”Elabena wò amenuveve le ŋkunye me, eye mezɔ le wò nyateƒe me.
”Yehowa ƒe gbe ɖi kple ŋusẽ, Yehowa ƒe gbe ɖi le ŋutikɔkɔe me.
”Metsɔ nye gbɔgbɔ le asiwò me dem; Yehowa, eɖem, wò Mawu nuteƒetɔ.
”Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò. Miganɔ abe sɔ kple tedzisɔ, siwo nunya mele tagbɔ na o la ene o; woƒe atsyɔ̃ɖonu enye ka kple numega, si wotsɔna mlã woe, hafi woate ɖe ŋuwò.
”Anyigba blibo le nevɔ̃ Yehowa; xexemetɔwo katã nesi eƒe ŋku me!
”Yehowa ƒe adaŋudede li tegbee, eye eƒe dzimesusuwo tso dzidzime yi dzidzime.
”Viwo, miva, milé to ɖe ŋunye, ne mafia Yehowa-vɔvɔ̃ mi!
”Tete megblɔ bena: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye. Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me. Meɖe gbe ƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gãwo me; kpɔ ɖa, nyememia nu o, Yehowa, ènyae. Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o; mekɔ nu le wò nuteƒewɔwɔ kple wò xɔname dzi, eye nyemeɣla wò amenuveve kple wò nyateƒe de ameha gãwo o.
”Ke Mawu gblɔ na ame vɔ̃ɖi be: Nye ɖoɖowo xexlẽfia kae tsa gbɔwò? Eye nukaŋuti nèlé nye nubabla ɖe nu? Wòa èlé tu hehe, eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbewò tso!
”Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!
”Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.
”womelé Mawu ƒe nubabla la me de asi o, eye wogbe zɔzɔ de eƒe seawo nu,
”Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o. Eyata meɖe asi le wo ŋu ɖe woƒe dzimesesẽ la me, ne woazɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo la nu. Oo, ɖe wònye ɖe nye dukɔ ɖo tom, eye Israel zɔ nye mɔwo dzi la, anye ne asusɔ vie ko mabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyi, eye matrɔ nye asi ɖe wote ketɔwo ŋu; anye ne Yehowa ƒe adikãtɔwo avivi nu me na wo, eye woƒe ɣeyiɣi anɔ anyi tegbee;
”Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsa nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mava wò ŋkɔ!
”Ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋufɔ le ame kɔkɔewo ƒe adaŋu me, eye vɔvɔ̃ le eŋu na amesiwo katã ƒo xlãe la.
”Eɖo viviti ɖa, eye blukɔ do, ke womebu eƒe nyawo o.
”Elabena wosẽ to ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu, eye wodo vlo dziƒoʋitɔ la ƒe adaŋudede, ale be wòtsɔ hiãkame bɔbɔ woƒe dzi ɖe anyi, womu ya, ke xɔnametɔa ɖeke meli ti.
”Edo eƒe nya da wòyɔ dɔ wo, eye wòhe wo tso woƒe ʋe la me.
”Eƒe asinudɔwɔwɔwo nye nyateƒe kple ʋɔnudɔdrɔ̃, eye eƒe sewo katã le eteƒe; elia ke wo ɖaa tegbee, eye wòwɔ wo le nyateƒe kple nuteƒewɔwɔ me.
”Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; amesiwo katã léa eme la, gɔmesese nyui sua wo si; eƒe kafukafu li tegbee.
”Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.
”Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegbetɔwo ŋu. Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegãwo ŋu.
”Woayra amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, amesiwo zɔna le Yehowa ƒe se la me.
”Ekema ŋu makpem o, nenye be, meɖe ŋku ɖe wò seawo katã.
”Aleke ɖekakpui alẽ eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee? Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu.
”Medi wò tso dzi blibo me, megana matra tso wò seawo gbɔ o!
”Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.
”Matsɔ nye nuyiwo axlẽ wò nu me ɖoɖowo katã afia.
”Klo nu ɖa le nye ŋku dzi, ne makpa nukunuwo le wò se la me!
”Wò ɖoɖowo yome didi ɣesiaɣi na nye luʋɔ gbã gudugudu.
”Eblu ɖe dadala, siwo woƒo fi de la ta, amesiwo tra tso wò se la gbɔ.
”Te aʋatsomɔ ɖe aga tso gbɔnye, eye natsɔ wò se la ve nunye!
”Metia nyateƒemɔ, eye metsɔ wò ɖoɖowo tu enyi ɖe ŋkunye me.
”Na gɔmesesem, ne malé ŋku ɖe wò se la ŋu, eye malé eme ɖe asi tso dzi blibo me.
”Malé ŋku ɖe wò se la ŋu ɣesiaɣi ɖaa tegbee,
”Nye dzeme akɔ ɖe wò se, siwo melɔ̃na la ŋu.
”Dzi kum heliheli ɖe ame vɔ̃ɖi, siwo gblẽ wò see ɖi la ŋuti.
”Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o.
”Enyo nam ŋutɔ be, wobɔbɔm ɖe anyi, ne masrɔ̃ wò ɖoɖowo.
”Wò nu me sewo nyo nam wu sika kple klosalo akpe nanewo.
”Yehowa, wò nya la li ke ɖe dziƒo tegbee.
”Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wonye ɖaa.
”Wo nyawo vivi na nye veme wu anyitsi le nye nu me.
”Wò sewo na medze nunya, eyata melé fu aʋatsomɔwo katã.
”Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.
”Nye dzi lɔ̃ be, yeawɔ wò ɖoɖowo dzi tegbee vaseɖe nuwuwu.
”Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le ŋunye, ne malé nye Mawu ƒe seawo me ɖe asi.
”Egbe amesiwo katã tra tso wò ɖoɖowo gbɔ, elabena woƒe alakpadada mele ɖeke me o.
”Yehowa ƒe nuwɔɣi do edzi, elabena wotu wò se la.
”Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta.
”Ŋuʋaʋa le wu ye ge, elabena nye ketɔwo ŋlɔ wò nya la be?
”Nyemele ɖeke me o, eye wodo vlom, ke nyemeŋlɔ wò sewo be o.
”Wò dzɔdzɔenyenye le dzɔdzɔe tegbee, eye wò se la nye nyateƒe.
”Nye ŋkuwo le te hafi zãdzɔɣiwo ɖo, bene made ŋugble le wò nyawo ŋu.
”Wò nya ƒe taƒoƒo enye nyateƒe, eye wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo li tegbee.
”Amegãwo ti yonyeme yakatsyɔ, eye nye dzi dzo nyanyanya le wò nya la ta.
”Dzi le dzɔyem ɖe wò ŋugbedodo la ŋu, abe amesi kpɔ aboyonu geɖe ene.
”Yehowa, wò xɔname le dzroyem, eye wò se la enye nye dzidzɔ.
”Made ta agu ɖe wò gbeɖoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ, eye makafu wò ŋkɔ le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta, elabena èna wò ŋugbedodo kɔ gbɔ wò ŋkɔwo katã ta.
”Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.
”Ɣekaɣi mi gegemewo míalɔ̃ bometsitsi, mi fewuɖulawo miakpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, eye mi bometsilawo mialé fu sidzedze ase do?
”Le esi wolé fu sidzedze, eye womedo Yehowa-vɔvɔ̃ o, le esi womelɔ̃ ɖe nye aɖaŋuɖoɖo dzi o, eye woɖo vlo nye mokanamewo katã ŋuti la, eyata woaɖu woƒe zɔzɔme ƒe kutsetsewo, eye woƒe aɖaŋuɖeɖewo neɖi ƒo na wo.
”be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne édii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema ãse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.
”Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;
”Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.
”Ele nunya, ƒle gɔmesese! Megaŋlɔe be o, eye megate ɖe aga tso nye nu me nyawo ŋu o. Megaɖe asi le eŋu o, ekema adzra wò ɖo; lɔ̃e, ekema akpa tawò.
”Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒo ŋu. Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe.
”Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ te, eye wò aɖabawo nelé mɔ ɖeka tso le ŋgɔwò. Ɖe toƒe dzɔdzɔe na wò afɔwo, eye wò mɔwo katã nesɔ ɖe eteƒe. Megadze ɖe ɖusi alo mia me o, te wò afa ɖe aga tso vɔ̃ gbɔ.
”Elabena akaɖie nye se la, kekelie nye nufiame la, eye agbemɔ enye mokaname, siwo fiaa mɔnu ame la.
”Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.
”Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò.
”Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.
”Yehowa-vɔvɔ enye agbevudo, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.
”Aleke gbegbe nunyakpɔkpɔ mehenyo wu sikae, ete gɔmesesekpɔkpɔ meheƒo klosalo tae o!
”Megaƒo nu ɖe bometsila ƒe le me o, elabena ɖeko wòado vlo wò nunya ƒe nyawo.
”Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.
”Mawu ƒe nuƒoƒowo katã me dza; akpoxɔnu wònye na amesiwo sii tso la. Megatsɔ nyaa ɖeke kpe eƒe nyawo, ne wòade ga nu na wò, eye nanye aʋatsotɔ atsi anyi ɖi o.
”Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ!
”Eyata woƒe ke azu nu nyunyɔ abe ahɔ̃liti takpoe, si dzo ƒe aɖe fiã, kple gbe ƒuƒu, si nye afi ɖe dzo me la ene, eye woƒe seƒoƒo ami ya abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa Zebaot ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe kɔkɔeto la ƒe nyawo ŋu.
”Eye wògblɔ bena: Yi naɖagblɔ na dukɔ sia bena: Minɔ nusese dzi ko, ke mígase nu gɔme o; minɔ nukpɔkpɔ dzi, ke migadze si nu o.
”Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.
”Eyata yi naŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi le wo gbɔ, eye naŋlɔe ɖe agbalẽ me, ne wòanɔ anyi anye ɖase tegbee le ŋkeke, siwo gbɔna la me. Elabena dukɔ sẽto, vi dalakpa, vi, siwo gbe Yehowa ƒe nufiamewo sese la, wonye; amesiwo gblɔ na nukpɔlawo be: Migakpɔ nu o, eye wogblɔ na nyagblɔɖilawo be: Migagblɔ nya, si le eteƒe la, ɖi na mí o, ke boŋ migblɔ nya ŋɔnɔewo na mi, eye migblɔ alakpanyawo ɖi! Mite ɖa le mɔ la dzi midze le toƒe la, eye mina Israel ƒe kɔkɔetɔ la nabu le mía ŋku me! Eyata ale Israel ƒe kɔkɔetɔ la gblɔ esi: Esi miedo vlo nya sia, eye mieɖo ŋu ɖe ŋutasesẽ kple ayedzedze ŋu heziɔ ɖe eŋu la, miaƒe vodada sia azu abe gli dzeabi, si le mumũm hetre azã le gli kɔkɔa ɖe ŋu la ene, esi ƒe mũɣi aɖo zi ɖeka kpoyi.
”Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee.
”Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo?
”Elabena Yehowa be: Nye susuwo menye miaƒe susuwo o, eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o; ke boŋ alesi dziƒo kɔ boo wu anyigbae la, nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mawo kple nye susuwo wu miaƒe susuwòe.
”nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.
”Eɖo ɣli be, wò legba gbogboawo naxɔ na wò, ke ya lɔ wo katã ɖe nu, eye ƒuƒu kplɔ wo dzoe. Ke amesi sim tso la, anyi anyigba ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ.
”Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!
”Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.
”nenema nye hã makpɔ dzidzɔ le ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti, eye mahe nusi dzia ŋɔ na wo la, ava wo dzi, elabena meyɔ ame, ke amea ɖeke metɔ o, meƒo nu, ke womesee o, wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wotia nusi medze ŋunye o. Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo.
”Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ. Nyea mebu be: Amesiawo, ame dahewoe, wodzɔ lã, elabena Womenya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la o.
”Anyigba, see! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi wòanye woƒe tamesusuwo ƒe kutsetse, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la.
”Ke boŋ nya siae metsɔ de se na wo be: Mise nye gbe, ne manye miaƒe Mawu, eve miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ nye mɔ, si meɖo na mi la dzi, be eme nanyo na mi. Ke wogbe esese, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o; wozɔ le adaŋu, si wode le woƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe tamesesẽ me la nu, eye wotrɔ megbe ɖem, menye ŋku me o.
”Ŋu akpe nunyalawo, dzi aɖe le wo ƒo, eye asi atu wo; kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya wogbe, nunya kae hele wo si azɔ ma?
”Ke ne miegbe toɖoɖo la, ekema nye luʋɔ afa avi le adza me le dàda la ŋuti, eye nye ŋkuwo afa aɖatsi yoyoyo, le esi wokplɔ Yehowa ƒe lãhawo dzoe ta.
”Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wo ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.
”Ale Yehowa gblɔ esi: Aɖi ŋutsu, si ƒe dzi te ɖa le Yehowa ŋu, eye wòle dzi ɖom ɖe amegbetɔ ŋu hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe alɔe la ŋuti kpekpekpe!
”Ke wogbe toɖoɖo, eye womeƒu to anyi o, ke boŋ wolia ʋume, womeɖo to o, eye wodo toku tohehe.
”Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la, ava du sia kple eƒe duwo katã dzi; elabena wolia ʋume goŋgoŋ hegbe nye nyawo sese.
”Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la o; mia flum wole, eye woawo ŋutɔ ƒe dzi ƒe ŋutega tom wole, menye Yehowa ƒe nu me wòtso o,
”Yehowa be: Ɖe nye nya mele abe dzo ene, eye abe zũ, si agba agakpe gudugudu la ene oa?
”Eye Yehowa ɖo eƒe dɔlawo katã, siwo nye nyagblɔɖilawo ɖe mi, eɖo wo ɖe mi ɖaa atraɖi: ke mieɖo to o, eye mieƒu to anyi, be miase nu o.
”Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ne mieɖo tom, be miazɔ ɖe nye se, siwo mede na mi nu o, mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖilawo ƒe nya, siwo meɖo ɖe mi ɖaa atraɖi la o, eye miegbe wo sese la, ekema mawɔ aƒe sia abe Silo ene, eye matsɔ du sia awɔ ɖiŋudonu na anyigba dzi dukɔwo katã.
”Azɔ miɖo miaƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo ɖo, eye mise Yehowa, mia Mawu ƒe gbe; ekema vɔ̃, si Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu la, avee.
”Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Migana miaƒe nyagblɔla, siwo le mia dome, kple miaƒe bokɔnɔwo nable mi o, eye migalé to ɖe miaƒe drɔ̃e, siwo miekuna la ŋu o. Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Menye nyee do wo o, Yehowa ye gblɔe!
”Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe. Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe; ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe. Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.
”Ke miele gbɔgblɔm be: „Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o.“ Israel ƒe aƒe, misee: Nye nuwɔnae mele eteƒe oa? Ɖe menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa?
”Woafia vovo, si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, kpakple vovo, si le nu madzamadza kple nu dzadzɛ dome la, nye dukɔ.
”Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.
”Baba na wo, elabena wodzo le gbɔnye! Gbegblẽ neva wo dzi, elabena wotrɔ ʋu le yonyeme! Mebe, maɖe wo, ke woawo da alakpa ɖe asinye.
”Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke, menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.
”Ke wogbe toɖoɖo, wolia ʋume kpakoo, eye wote nu ɖe to me, be yewomagase nu o. Wotsɔ woƒe dzi wɔ lotamekpee, be yewomagase se la kple Yehowa Zebaot ƒe nya, siwo wòɖo ɖa to eƒe gbɔgbɔ kple nyagblɔɖlla lsã tɔwo dzi la o; eyata dɔmedzoe ga tso Yehowa Zebaot gbɔ va ɖo. Eyata alesi meyɔ wo wogbe esese la, nenema woayɔm, ke nyemasee o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.
”Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“
”Migabu xa bena, meva se la alo nyagblɔlawo tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ wo nu wu ge meva. Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o. Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.
”Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.
”Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mo la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.
”Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!
”Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti; eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyea zi le nenem xɔ ma te, eye memuna o; elabena woɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi. Eye amesiame, si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, woatsɔe aɖo ŋutsu manyanu, si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ŋuti; eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyẽa zi le nenem xa ma te, eye wòmu, eye eƒe anyidzedze ɖi gbloo.
”Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi. Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o.
”Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me; ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.
”Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o. Eye amesi ke metsɔ eƒe atitsoga ɖo eɖokui dzi dze yonyeme o la, eya medzem o. Amesi ke ɖe eƒe agbe la, eya labui; eye amesi ke bu eƒe agbe le tanye la, eya lakpɔe. Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa.
”Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.
”Eyata mele nu ƒom na wo le lododowo me ɖo, elabena wole nu kpɔm, eye womekpɔa nu o; wole nu sem, eye womesea nu ahayi egɔme se ge o. Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: „Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; míakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o; elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“ Ke Woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu. Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖilawo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di be, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miele, eye womekpɔe o; eye be, yewoase nusiwo sem miele la, eye womesee o. Miawo la, azɔ miɖo to lododo la le nukuwula ŋuti. Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la. Ke nusi wowu ɖe kpenyigba dzi la, eya nye amesi, ne ese nyaa la, exɔne enumake kple dzidzɔ; ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu. Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la. Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.
”Eye wòxɔ edzi gblɔ bena: Ati sia ati, si Fofonye, si le dziƒo la, medo o la, woahoe.
”Eye Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o.
”Eye wògblɔ nɛ bena: „Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.“ Esia enye se gbãtɔ, si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“ Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.
”Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.
”Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
”Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.
”Ke esi wòlé Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu va Galilea hele gbe ƒã ɖem Mawu ƒe nyanyuie la bena: Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vo. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixa nyanyuie la dzi se!
”Eye wògblɔ na wo bena: Miawo la wona mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣla mi; ke ame mawo, siwo le egodo la, wona nuwo katã wo le lododowo me, bena amesiwo le nu kpɔm la, nakpɔ nu, ke womagadze sii o; eye amesiwo le nu sem la, nase nu, ke womagase egɔme o, bena woagatrɔ, ne woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo o. Eye wògblɔ na wo bena: Ne miese lo sia gɔme o la, aleke lawɔ, eye mianya lododoawo katã gɔme mahã? Nukuwula le nya la wum. Ke esiawo nye amesiwo le mɔ to, afisi wowu nya la ɖo; eye ne wosee ko la, enumake Satana vana, eye wotsɔa nya, si wowu ɖe wo me la, yinɛ. Ke esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la, wonye amesiwo, ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ; eye ke meli na wo o, eye wonɔa anyi ʋee ko; ke ne fukpekpe kple yometiti va le nya la ŋuti la, enumake wozua nuɖiaɖia na wo. Eye bubu, siwo wowu ɖe ŋuwo dome la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamleawo ƒe amedzodzro yina ɖe wo me, eye wotsyɔa nya la dzi, eye wotsia matsematse. Eye esiwo wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, woawo nye amesiwo sea nya la, eye woxɔnɛ, eye wotsena, ɖewo blaetɔ̃, ɖewo blaade, ɖewo alafa.
”Ke esi Yesu se nya, si gblɔm wole la, egblɔ na ƒuƒoƒemegã la bena: Megavɔ̃ o, xɔ se ko.
”eye miena Mawu ƒe nya la tsi mabumabu le miaƒe ka, si mieɖo anyi la ŋuti; eye nusiawo tugbe geɖe miewɔna.
”Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme. Elabena amesi ke di be, yeade yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi atsrɔ̃ eƒe agbe le nye kple nyanyuie la ŋuti la, aɖee. Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã? Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.
”Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe menye esia ta míeɖa ƒu, elabena mienyã ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o mahã?
”Eye ele be, woaɖe gbe ƒã nyanyuie la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.
”Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
”Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã. Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se o la, wòabu fɔe.
”Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me.
”ke wò la, yi ato wò ŋutɔ wò luʋɔ me, bena woaɖe ame geɖewo ƒe dzimesusuwo afia.
”Eye Yesu xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖeko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe le Mawu ƒe nya sia nya ŋuti.“
”eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti, elabena egblɔ nya ŋusẽtɔe.
”Ke nukaŋuti miele yɔyem bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, eye miewɔ nusiwo megblɔ na mi la dzi o mahã? Amesiame, si va gbɔnye, eye wose nye nyawo, eye wòwɔ wo dzi la, mafia mi, amesi wòɖi: Eɖi amea ɖe, si le xɔ; tum, amesi ku do wògoglo, eye wòɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi; ke esi to ɖo, eye tɔsisi ƒo ɖe xɔ ma ŋu la, mete ŋu ʋuʋui o le eƒe tutu nyui ta. Ke amesi senɛ, eye mewɔa edzi o la, eɖi amea ɖe, si tu xɔ ɖe anyigba, eye meɖo egɔme anyi o, eye tɔsisi ƒo ɖe eŋu, eye wòmu enumake, eye xɔ ma ƒe atidzedze ɖi gblo.
”Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o. Ke lo lae nye esi: Nuku la enye Mawu ƒe nya. Ke esiwo le mɔ to la, woawo nye amesiwo le esem; tete Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yine, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o. Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe. Eye esi ge ɖe ŋuwo me la, woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o. Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.
”Eye wòɖo eŋu na wo bena: Danye kple nɔvinyewo nye esiawo, amesiwo le mawunya la Sem, eye wole edzi wɔm.
”Eye wògblɔ na wo katã bena: Ne amea ɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme. Elabena amesi ke ɖi bena, yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔe, ke amesi ke atsrɔ̃ eƒe agbe le tanye la, aɖee. Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, eye woatsrɔ̃, alo wòabu ye ŋutɔ ɖokui mahã? Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo la, Amegbetɔvi la akpe ŋu eya hã, ne ava le eya ŋutɔ kple Fofoa kple mawudɔla kɔkɔeawo ƒe ŋutikɔkɔe la me.
”Eye wògblɔ na ame bubu bena: Dze yonyeme! Ke eya gblɔ bena: Aƒetɔ, ɖe mɔ nam, be mayi aɖaɖi fofonye hafi. Ke egblɔ ne bena: Na ame kukuawo naɖi woa ŋutɔwo ƒe kukuawo; ke wò la yi ɖagblɔ mawufiaɖuƒe la fia. Eye ame bubu hã gblɔ bena: Aƒetɔ, manɔ yowòme; gake ɖe mɔ nam, be mayi aɖaklã amesiwo le aƒenye me hafi. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi tsɔ eƒe asi ɖa ɖe kodzi dzi, eye wogale megbe kpɔm la, medze mawufiaɖuƒe la o.
”Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.
”Eye amea ɖe gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ame ʋeea ɖewo koe akpɔ ɖeɖe mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o.
”Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. Amesi ke metsɔ eƒe atitsoga, eye wòva dze yonyeme o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
”Se la kple nyagblɔɖilawo nɔ anyi vaseɖe Yohanes dzi; tso ekema dzi la wole mawufiaɖuƒe ƒe nyanyuie la gblɔm fia, eye amesiame yi ɖe eme sesẽtɔe. Ke ele bɔbɔe, be dziƒo kple anyigba nu nayi wu esi se la ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka natsi anyi.
”Ke Abraham gblo bena: Mose kple nyagblɔɖilawo le wo si: woaɖo to woamawo! Eye wògbɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne amea ɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, wòatrɔ le woƒe dziwo me. Ke egblɔ nɛ bena: Ne womeɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso ame kukuwo dome hã la, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.
”Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.
”Eye wògblɔ na wo bena: O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be, woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblo ɖi la, dzi ase.
”Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.
”Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu. Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome;
”Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.
”Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.
”Eye esi wòtsi tre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi bena, egblɔ esia ɖi, eye woxɔ ŋɔŋlɔ la kple nya, si Yesu gblɔ la, dzi se.
”Ne megblɔ anyigbadzinuwo ŋutinya na mi, eye miexɔe se o la, aleke lawɔ miaxɔ ase, ne megblɔ dziƒonuwo ŋutinya na mi mahã?
”Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi. Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o.
”Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.
”Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.
”Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.
”Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.
”Eye eƒe nya menɔ mia me o; elabena amesi eyama dɔ ɖa la, eya dzie miexɔ se o. Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye;
”Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.
”Eyata megblɔ na mi bena, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me; elabena ne miexɔe se bena, nyee nye esi o la, miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃wo me.
”Tete Yesu gblɔ na Yudatɔ, siwo xɔ edzi se la bena: Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.
”Nukaŋuti miele si dzem nye nuƒoƒo oa? Elabena miate ŋu ase nye nya la o. Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye. Ke nye la, le esi mele nyateƒe gblɔm ta la, miele dzinye xɔm le sesem o. Ameka le mia dome ali nuvɔ̃ ɖe dzinye mahã? Ne megblɔ nyateƒe la, nukaŋuti miexɔm se o mahã? Amesi tso Mawu me la, sea Mawu ƒe nyawo; miawo la miele wo sem o, le esi mietso Mawu me o la ta.
”Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku kpɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me.
”Ke miawo miele exɔm le sesem o: elabena miawo míenye nye alẽwo dometɔwo o, abe alesi megblɔ na mi ene. Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme;
”Ne eya amesiwo tà mawunya va ɖo la be mawuwo la, womate ŋu ada ŋɔŋlɔ la dzi o;
”Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui: eye amesi ke léa tu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ. Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu.
”Ke esi wòwɔ ale dzesi geɖe siawo le woƒe ŋku me hã la, womexɔ edzi se o, bena woawu nya, si nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ɖi la nu bena: „Aƒetɔ, ameka xɔ miaƒe nyagbɔgblɔ la dzi se mahã? Eye ameka woɖe Aƒetɔ ƒe abɔ la fia mahã?“ Le esia ta womete ŋu xɔe se o; elabena Yesaya gagblɔ bena: „Egbã woƒe ŋkuwo, eye wòna woƒe dzi sẽ, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo, eye woase nu gɔme kple dzi, eye woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“ Nusiawo Yesaya gblɔ, elabena ekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe la, eye wòƒo nu le eŋu. Ke amegãwo dometɔ geɖewo xɔ edzi se; gake la le farisitɔwo ta la womeʋu eme o, bena woagaɖe yewole ha me o; elabena wolɔa amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.
”Amesi le gbeyem, eye mexɔa nye nyawo o la, ekpɔ amesi le ʋɔnu drɔ̃mi; nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.
”Elabena nye la nyemeƒo nu le ɖokuinye si o; ke Fofo, si dɔm ɖa la, eya ŋutɔ na nusi magblɔ kple nusi maƒo la ƒe sem. Eye menya bena, eƒe se la enye agbe mavɔ. Eyaŋuti nusiwo ƒe nu meƒona, abe alesi Fofo la gblɔ nam ene la, nenema me, ƒoa nui.
”Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
”Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.
”Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.
”Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Ne amea ɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye miava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ. Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o, eve nya, si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo, si dɔm ɖa la tɔe.
”Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.
”Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.
”Nye la metsɔ wò nya la na wo, eye xexeame lé fu wo, elabena wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.
”Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe?
”Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.
”Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.
”Ke Paulo kple Barnaba ƒo nu kple dzideƒo bena: Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã, ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, mietrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ.
”Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã.
”Ke esi amea ɖewo ƒe dzime sẽ, eye womeɖo to o hele nya vlowo gblɔm ɖe mɔ la ŋu le ameha ƒe ŋku me la, edzo le wo gbɔ, eye wòɖe nusrɔ̃lawo ɖa tso wo dome, eye wòƒoa nu na wo gbesiagbe le Tirano ƒe nusrɔ̃xɔ la me.
”Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo de wo ɖokui yome. Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.
”„Yi dukɔ sia gbɔ, eye nagblɔ bena: To tsɔ ge miala ase nui, ke miele egɔme se ge o, eye ŋkuwo tso ge miala akpa nui, ke miele si dze gee o. Elabena nenem dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo, be woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woase nu gɔme kple woƒe dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“
”Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie, si wòdo ŋugbe ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le ŋɔŋlɔ kɔkɔewo me
”Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã. Elabena woɖea Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go le eya me tso xɔse me yina xɔse me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me.“ Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me. Eyata esi woɖe nusi woate ŋu anya le Mawu ŋuti la, fia le wo me la; elabena Mawu ɖee fia wo. Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o. Eyata esi wònye wonya Mawu hafi, gake womekafunɛ abe Mawu ene o, ke boŋ woƒe tamesusuwo zu yaka, eye woƒe dzi masenugɔmewo do viviti la. Esime wole edzi bena, nunyalawo yewonye la, wozu bometsilawo,
”Azɔ la, nukae nye Yudatɔ ƒe nu nyui, si ƒo ta la, alo nu kae nye aʋatsotso ƒe viɖea? Nu geɖe le go sia go me; gbã wotsɔ Mawu ƒe nyawo ɖewo si. Elabena ne amea ɖewo mewɔ nuteƒe o la, nukae? Alo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ aɖe Mawu ƒe nuteƒetɔnyenye ɖa mahã? Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“
”alesi woŋlɔ ɖi bena: „Ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o. Amea ɖeke meli, si nya nu o, amea ɖeke meli, si biaa Mawu ta sena o!
”Ekem ɖe mietsɔ xɔse la tu se la mahã? Gbeɖe! Ke mietsɔ se la tu tsitre boŋ.
”ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.
”Eva la se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe, le dzɔdzɔe, eye wònyo.
”Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ, la dzi! Eyata azɔ nye ɖeka ma ke metsɔa nyasã la subɔa Mawu ƒe se la, ke metsɔa ŋutilã la subɔa nuvɔ̃ ƒe se lae.
”eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o.
”Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“ Gake la menye wo katãe ɖoa to nyanyuie lã o; elabena Yesaya gblɔ bena: „Aƒetɔ, amekae xa míaƒe nyagbɔgblɔ dzi se mahã?“ Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana.
”abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, ena ŋku wo, bene womagakpɔ nu o, kple to wo, bene womagase nu o“ vaseɖe egbegbe.
”Elabena nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene miatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ nukpɔkpɔ.
”Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ. Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.
”Elabena atitsoga la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo tsrɔ̃ la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.
”Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o; ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la,
”Eye nusiawo miegblɔna hã, eye míetsɔa nya, siwo amewo ƒe nunya fia mi la o, hafi míetsɔa nya, siwo Gbɔgbɔ la fia mí la boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenuwo heɖoa gbɔgbɔmenuwo ŋuti. Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme. Ke gbɔgbɔmeme la kpɔa nuwo katã me, ke eya ŋutɔ la amea ɖeke mekpɔa eme o.
”Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.
”Ke, nɔviwo, mena mienya nyanyuie, si megblɔ fia mi, si miexɔ hã, esi me míetsi tre ɖo hã, si me woxɔ mi ɖe agbe le hã, ne mielée ɖe asi, abe alesi metsɔ nyanyuie la gblɔ fia mi ene la; anye ne miexɔ edzi se dzodzo.
”Ne amea ɖe melɔ̃ Aƒetɔ Yesu Kristo o la, nezu busu! Aƒetɔ la gbɔna!
”Elabena míenye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le amesiwo woxɔna ɖe agbe la kple amesiwo tsrɔ̃na la dome, hena amesiawo la azu ku ƒe ʋeʋẽse heyina ku me, ke hena ame kemewo la azu agbe ƒe ʋeʋẽse heyina agbe me. Eye ameka de nusiawo nu mahã?
”amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame. Ke ne ku ƒe subɔsubɔdɔ, si le agbalẽŋlɔdzesiwo me, si woŋlɔ ɖe kpewo dzi la, kpɔ ŋutikɔkɔe ale gbegbe bena Israel-viwo mete ŋu lé ŋku ɖe Mose ƒe ŋku me le eƒe ŋku me ŋutikɔkɔe, si nu tsi la ŋuti o la, aleke Gbɔgbɔ ƒe subɔsubɔdɔ manɔ ŋutikɔkɔe me geɖe awu o mahã? Elabena ne ŋutikɔkɔe li na fɔbubu ƒe subɔsubɔdɔ la, ekema dzɔdzɔenyenye ƒe subɔsubɔdɔ gbã go geɖe wu le ŋutikɔkɔe me.
”Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me. Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le, amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.
”Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?
”Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui woa Kristo ƒe apostolowo. Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.
”Elabena míate ŋu awɔ naneke ɖe nyateƒe la ŋuti o; ke nyateƒe la boŋ ye míate ŋu awɔ nane na.
”Mewo yaa bena, miena wote mi ɖa tso amesi yɔ mi le Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ kaba ŋutɔ ale heyina nyanyuie bubua ɖe me, wònye nyanyuie bubua ɖeke meli o, negbe bena amea ɖewo li, siwo blu miaƒe tame, eye wole didim be, yewoadze ŋe Kristo ƒe nyanyuie la. Ke nenye míawo alo mawudɔla, si tso dziƒo gɔ̃ hã, agblɔ nyanyuie la bubui afia mi, ɖe esi míegblɔ na mi teƒe la, nezu busu! Abe alesi míegblɔ tsã la, magagblɔe fifi hã bena, ne amea ɖe gblɔ nyanyuie la bubui fia mi ɖe esi miexɔ teƒe la, nezu busu!
”amesiwo miena mɔ ɖo to wo gaƒoƒo ɖeka hɔ̃ o, bene nyanyuie la ƒe nyateƒe nanɔ te la mia gbɔ ɖaasi.
”Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“
”Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“ bene Abraham ƒe yayra la nava trɔ̃subɔlawo dzi le Kristo Yesu me, bene miaxa Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo la to xɔse me.
”Ke Abraham la wogblɔ ŋugbedodowo na eya kple eƒe ƒome; womegblɔ be: „Kple ƒomeawo“ abe ame geɖe ene o, ke abe ame ɖeka ene boŋ: „Kple wò ƒome,“ si nye Kristo.
”Ale se la zu mia nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe, bene woatso afiã na mí to xɔse me.
”Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?
”bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me, eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me,
”bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o,
”bene yeakɔ eŋu, esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me megbe la,
”Eye miɖo xoxo ƒe gakuku la, eye mihe Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la, ɖe asi.
”Eye esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nana agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me, bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,
”esi me mieléa agbenya la ɖe asi le hena nye adegbeƒoƒo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, bena nyemeƒu du dzodzro, eye nyemedze agbagba dzodzro hã o.
”nenye bena, mienɔ xɔse me, abe amesiwo gɔme wodo anyi, eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te, esi ƒe subɔla nye Paulo mezu la me o.
”Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.
”eye mido gbe ɖa ɖe miawo hã mía ta, bene Mawu naʋu nya la ƒe ʋɔtru na mí, ne míagblɔ Kristo ƒe nya ɣaɣla, si ŋuti woblam ɖo hã,
”Eye miawo miezu míawo kple Aƒetɔ la srɔ̃lawo, esi miexɔ nya la le xaxa geɖe me kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ,
”ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.
”Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.
”eye mi amesiwo kpo xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me le dzo ƒe aɖe me, esime woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyuie la o, amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ,
”eye tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe vava ƒe ɖeɖefia la me. Ame ma ƒe vava lanye le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔm la dome; elabena womexɔ nyateƒe ƒe lolo, bene woaxɔ wo o. Eye le esia ta Mawu adɔ beble, si nu sẽ la, aɖo ɖe wo gbɔ, bene woaxɔ aʋatsokaka dzi ase, bene woadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã mexa nyateƒe dzi se o, ke boŋ madzɔmadzɔnyenye dze wo ŋu.
”Ke mienyae bena, se la nyo, ne amea ɖe wɔ eŋu do le se la nu pɛpɛpɛ; eye míenya esia bena, womena se ame dzɔdzɔe o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo kple ame mavɔ̃mawuwo, kple nuvɔ̃wɔlawo kple ame makɔmakɔwo kple ahɔhlɔ̃bɔlawo kple tɔwulawo kple nɔwulawo kple amewulawo kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti le Mawu yayratɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie, si wotsɔ de asi nam la nu.
”Elabena esia nyo, eye wòdze Mawu, mía xɔla ŋu, amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.
”ke ne metsi anyi la, ne nanya alesi dze wò be, nazɔ le Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la me.
”Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia
”Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me.
”Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava.
”Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.
”Eyata ŋu nagakpe wò le mia Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyuie la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu,
”ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ;
”Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.
”Ke ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiãa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,
”amesiwo srɔ̃a nu ɖaa, eye womate ŋu ava nyateƒe ƒe sidzedze la gbɔ akpɔ o.
”eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me. Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.
”Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me. Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.
”amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafia la nu, bena wòate ŋu axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo.
”Ɖaseɖiɖi sia nye nyateƒe; le esia ta ka mo na wo vevie, bene woanɔ blibo le xɔse me,
”Ke wò la gblɔ nusiwo dze nufiafia, si le blibo,
”Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o. Elabena ne nya, si wogblɔ ɖi to mawudɔlawo dzi la, li dzi sesĩe, eye vodada sia vodada kple tosesẽ sia tosesẽ kpɔ eŋuti fetu vɔ̃, si dze la, aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne mielé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka de edzi na mi,
”Eyaŋuti abe alesi Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ene be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me le tetekpɔ ƒe ŋkeke la dzi le gbeadzi ene o, esime mia fofowo tem kpɔ, eye woɖom kpɔ, eye wokpɔ nye dɔwɔwɔwo ƒe blane sɔŋ. Eyata nenem dzidzime sia ƒe nu ku dzi nam, eye megblɔ be: Ɖaasi woƒe dzi tra mɔ; ke womenya nye mɔwo o. Eyata meka atam le nye dziku me bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ!“ Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,
”Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o. Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi.
”Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la; eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!
”Elabena amesiwo me woklẽ ɖo kpɔ, eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wozu Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe gomekpɔlawo, eye woɖo Mawu ƒe nyanyuie kple xexeme, si le vava ge ƒe ŋusẽwo kpɔ, eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawo wo yeye hena dzimetɔtrɔ, le esi wogaklã Mawuvi la ɖe atitsoga ŋu na wo ɖokui, eye wona wodo ŋukpee la ta.
”Elabena esia nye nu, si mabia kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.
”elabena esime wògblɔ be: „Esiae nye nu, si mabia kpli wo le ŋkeke siawo megbe la, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe dziwo me, eye woƒe tame hã maŋlɔ wo ɖo,
”Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li. Ne amea ɖe do vlo Mose ƒe sea la, ekuna nublanui makpɔmakpɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu; fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã?
”Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.
”Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;
”Elabena mía Mawu hã nye dzo, si fiãa nu.
”Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.
”Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la. Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o! Elabena ne amea ɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsua ɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmeme le ahũhɔ̃e me. Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be.
”Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ. Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã? Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“ Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo! Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto. Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.
”Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me. Elabena wogbugbɔ mi dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si noa anyi tegbetegbe la me. Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna; ke Aƒetɔ ƒe nya la noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.“ Ke esiae nye nya, si wogblɔ fia mi.
”eye abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xoxo la,
”Azɔ mi amesiwo xɔe se la, enye kpe xɔasi na mi; ke dzimaxɔsetɔwo la, kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke zu dzogoedzikpe kple nuklikpe kple nuɖiakpe gbadzaa na wo, amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.
”Elabena azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me; ke ne wodze egɔme tso mía dzi la, ekema nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe nyanyuie la o mahã?
”Eye mia ŋutɔwo miese gbe sia tso dziƒo, esime mieli kplii le to kɔkɔe la dzi. Eye nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mia si, eye miewɔe nyuie bena, míekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me; eye minya esia gbã bena, ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖiwo katã metso ame ŋutɔ ƒe gɔmefiafia gbɔ o; elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.
”Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi. Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo, eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.
”abe alesi wòƒo nu le nusiawo ŋuti le eƒe agbalẽwo katã me la ene, esiwo me nyaa ɖewo ƒe gɔmesese nye ɖo la le, nya, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo trɔna, abe alesi wowɔa ŋɔŋlɔ bubuawo hã hena woa ŋutɔwo ƒe gbegblẽ la ene. Azɔ la, mi lɔlɔ̃tɔwo, esi mienya nusiawo ɖi ŋuti la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene ame gblẽkuwo ƒe beble nagahe mi ayii o, eye mìagadze anyi atso mia ŋutɔwo miaƒe kelili la me o.
”Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae. Amesi ke gblɔ bena, yenyae, eye gake melé eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o. Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me. Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.
”Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.
”Míawo la Mawu me mietso, eye amesi dze si Mawu la, ɖoa to mi; amesi metso Mawu me o la, meɖoa to mi o. Esia me míedze si nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ le.
”Ne míelɔ̃a Mawu, eye mieléa eƒe seawo me ɖe asi la, esia me míedze sii le bena, míelɔ̃a mawuviwo.
”Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o.
”Eye esiae nye lɔlɔ̃ la bene, míazɔ ɖe eƒe seawo nu. Esia nye se la bena, miazɔ eme, abe alesi miese tso gɔmedzedzea me ene.
”Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi. Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o: elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.
”Ke mele didim bena, maɖo ŋku dzi na mi amesiwo nya nuwo katã xoxo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu bena, esime Aƒetɔ la ɖe dukɔ la tso Egipte-nyigba dzi la, emegbe la etsrɔ̃ amesiwo mexɔ se o la.
”Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.
”Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèɖo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye,
”Azɔ trɔ le wò dzi me: ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò.
”Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me. Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.
”Eye dzi ku ŋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo ɖea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.
”Eye mekpɔ mawudɔla bubua de le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyuie mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinuwo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.
”Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.
”eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta, eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si amea leke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu; eye wòdo awua de, si ŋu wohlẽ ʋu do, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya.
”Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.
”Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.
”Mele ɖase ɖim na amesiame, si le agbalẽ sia me nyagblɔɖilawo sem la bena, ne amea ɖe tso nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la akpe ɖe eŋuti nɛ, eye ne amea ɖe aɖe nane le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me.
”