04 – Xexeame ƒe Nuwɔwɔ
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Xexeame ƒe Nuwɔwɔ.
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nya kɔkɔeawoe nye esia.
Míetsɔa ɖeke le nya siwo amegbetɔwo kpa la me o.
Na amesiame si lɔ̃a Mawu... nusiae Mawu gblɔ tso: Xexeame ƒe Nuwɔwɔ.
Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.
”Ke Mawu na nɔnɔmee, alesi wòlɔ̃, eye nukuwo dome ɖesiaɖe la etsɔ nuku la ŋutɔ ƒe nɔnɔme nɛ. Menye lãwo katãe nye lã ɖeka ƒomevi o: ke amegbetɔwo ƒe lã le vovo, lãfɔnewo ƒe lã le vovo, tɔmelãwo ƒe lã le vovo, xeviwo ƒe lã le vovo.
”Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o.
”Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la ŋku me, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi. Eye Mawu gblɔ be: Kekeli nedo! Eye kekeli do. Eye Mawu kpɔ kekelia bena enyo. Eye Mawu ma kekeli la kple viviti la dome. Mawu yɔ kekeli la be ŋkeke; ke viviti la eyɔe be zã. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke gbãtɔ.
”Eye Mawu gblɔ be: Alili nenɔ tsia titina, be wòanye dometsonu anɔ tsi kple tsi dome! Eye Mawu wo alili la, eye wòmã tsi, si le alilia te, kple tsi, si le alilia ta me la dome. Eye wòva me nenema. Eye Mawu yɔ alilia be dziƒo. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke evelia.
”Eye Mawu gblɔ be: Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze! Eye wòva me nenema. Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be anyigba, ke tsi ƒoƒua la eyɔe be atsiaƒu. Eye Mawu kpo bena enyo. Eye Mawu gblɔ be: Anyigba nemie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku, kple ati tseku, siwo tsena wo tɔ wo tɔwoe, esiwo me ku le, le anyigba la dzi. Eye wòva me nenema. Anyigba mie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku wo tɔ wo tɔwoe, kple ati, siwo tsena, siwo me ku le, wo tɔ wo tɔwoe. Eye Mawu kpo bena enyo. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke etɔ̃lia.
”Eye Mawu gblɔ be: Nu keklẽwo nado ɖe dziƒolilia ŋu, bena woade vovo ŋkeke kple zã dome, eye woanɔ anyi anye dzesiwo, afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo, eye woanye nu keklẽwo anɔ dziƒolilia ŋu, bene woaklẽ ɖe anyigba dzi! Eye wòva me nenem. Tete Mawu wɔ nu keklẽ gã eveawo. Ewɔ gãtɔ, bena woaɖu ŋkeke dzi, kple suetɔ, bena woaɖu zã dzi, hekpe ɖe ɣletiviwo ŋu. Eye Mawu tsɔ wo ɖo dziƒolilia ŋu, bena woaklẽ ɖe anyigba dzi, woaɖu ŋkeke kple zã dzi, eye woamã kekeli kple viviti dome. Eye Mawu kpɔ bena enyo. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke enelia.
”Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me. Eye Mawu wo ƒumelã klitsuwo kple nu gbagbe, siwo katã tana, eye woʋãna le tsia me, hamehame, kple xe, siwo katã dzona. Eye Mawu kpo bena enyo. Eye Mawu yra wo gblɔ bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ atsiaƒutsia me, eye xe dzodzoeawo nasɔ gbã le anyigba dzi! Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke atɔ̃lia.
”Eye Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame, aƒemelãwo kple nu tatawo kple gbemelãwo hamehame! Ale Mawu wɔ gbemelãwo hamehame, aƒemelãwo hamehame kple lã, siwo katã tana le anyigba dzi hamehame. Eye Mawu kpɔ bena enyo.
”Eye Mawu gblɔ be: Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, woaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi! Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi! Eye Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie tseku, siwo katã le anyigba blibo la dzi, kple ati, siwo katã tsena, siwo me ku le la, na mi, bena woanye nuɖuɖu na mi; ke gbewo kple amagbewo katã nanye nuɖuɖu na anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi. Eye wòva me nenema. Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.
”Ale wowu dziƒo kple anyigba kple wo me nu gbogboawo katã nu enye si. Eye Mawu wu eƒe ɖo, si wòwɔ la nu le ŋkeke adreagbe, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adreagbe tso eƒe do, siwo katã wòwɔ la me. Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.
”Esia nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi, si me Yehowa Mawu wo anyigba kple dziƒo. Ke gbemetia ɖeke mele anyigba dzi haɖe o, eye nu miemiea ɖeke medo ɖe gbe me haɖe o; elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba dzi haɖe o, eye ame meli ade anyigba la o. Eye afu do tso anyigba dzi, eye wònyɔ ɖe anyigba la katã ƒe ŋku me. Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe. Tete Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wotsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima.
”Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. Ewɔ wo wonye ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo: eye wòna ŋkɔ wo bena „ame“ le gbesigbe wòwɔ wo. Eye esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ la, edzi ŋutsuvia ɖe, si ɖii, eye wòyɔe bena Set.
”Elabena ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dzi kple anyigba, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe. Eyata Yehowa yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
”Dzesi wonye le mia kple Israel-viwo dome tegbee; elabena ŋkeke ade Yehowa wɔ dzi kple anyigba, ke edzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe, eye wògbɔ ɖe eme.
”Gake zi alesi mele agbe, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba blibo la dzi la, ayɔ anyigba blibo la dzi
”Bia gbaɖegbe, si va yi, kple dziƒo ƒe go ɖeka vaseɖe go keme dzi la se, tso gbesigbe Mawu wɔ ame ɖe anyigba dzi be, nya gãa ɖe dzɔ kpɔ abe esia enea, alo wose esia tɔgbe kpɔa?
”Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo kple anyigba kpakple nusiwo katã le edzi, wonye Yehowa, wò Mawu la to;
”Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.
”Tete atsiaƒu gɔme dze, eye anyigba ƒe anyinɔwo tsi go to Yehowa ƒe ŋɔdzidodo kple eƒe ŋɔti me gbɔgbɔ me.
”Eye Xizkiya do gbe ɖa le Yehowa ŋku me gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, asi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wo dziƒo kple anyigba.
”Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.
”Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.
”Eʋuʋu anyigba le enɔƒe, ale be eƒe sɔtiwo na. Ede se na ɣe, eye medze o, eye wòtu nu ɖe ɣletiviwo nu. Eya ɖeka keke dziŋgɔli me, eye wòzɔ ƒu dzeagbo dzi. Ewɔ koklovinɔ, avũ kple avũtɔ kple atifieŋu kpakple dzieheɣletiviwo. Ewɔ nu gã, si me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo melexexlẽ me o.
”Ke bia lãwo se, eye woafia nu wò, kple dziƒoxewo: eye woagblɔe na wo, kpakple anyigba dzi nutatawo, eye woafia nu wò, eye ƒumelãwo atoe na wò. Amekae medze sii le nusiawo katã ŋu be, Yehowa ƒe asie wɔ nusiawo oa? Eya, amesi si me nu gbagbewo katã ƒe luʋɔ kple amegbelɔwo katã ƒe ŋutilã ƒe gbɔgbɔ le!
”eya, amesi keke anyiehe ɖe ya me, eye meku anyigba ɖe naneke ŋu o; amesi blaa tsiwo ɖe alilikpowo me, eye alilikpoawo medzena le wo ŋu o; amesi xea eƒe fiazikpui ŋku me hekekea alilikpo ɖe edzi. Eɖe liƒo ɖe tɔwo dzi godoo, vaseɖe afisi kekeli ke ɖe viviti ŋu le. Dziƒosɔtiwo le dzodzom kpekpekpe, eye dziku tso wo ƒo le eƒe ŋɔdzidoname la,
”Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, eye ŋusẽkatãtɔ ƒe gbɔgbɔe gbɔ agbem.
”Eye Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me gblɔ bena: Amekae tsɔ nuƒoƒo, si nunyaa ɖeke mele eme o la, blu aɖaŋuɖoɖo mee? Tso, nasa avɔ ɖe ali abe ŋutsu ene; mabia nya wò, eye nafia num! Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe! Ameka ɖo eƒe dzidzeme? Enyae tso! Alo ameka da dzidzeka nɛ? Nuka dzi wodo egɔme anyi do, eye ameka ɖo eƒe dzogoedzikpe, esime ŋukeɣletiviwo katã le aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔa? Ameka tso ʋɔtruwo xe mɔ na atsiaƒu, esime wòdo tso vidzidɔ me? Esime metsyɔ alilikpo nɛ, eye medzii goŋgoŋ ɖe blukɔ me; meɖo liƒo nɛ, eye mede gameti kple agbo enu hegblɔ bena: Afii nava se ɖo, eye mayi ŋgɔ o; eye afii wò tsotsoe kpakawo aƒo ɖoa?
”Kpɔ tɔmenyi, si mewɔ kpe ɖe ŋuwò ɖa! Eɖua gbe abe nyi ene. Kpɔ ɖa, eƒe ŋusẽ le eƒe ali me, eye eƒe ŋusẽ le eƒe ƒodokawo me. Eli eƒe asike ɖe dzi abe sederti ene, eye eƒe atagbo me kawo ɖo wo nɔewo me kunyakunya.
”Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo, newɔ la,
”Tɔwo gɔme dze, nye xexeme ƒe agunu tsi go le wo bublu la nu, Yehowa, kple wò dɔmedzoe ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ fuxefuxe la nu.
”Dawid ƒe ha na henɔ la. Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbe ƒã ɖem eƒe asinuɖɔwɔwɔ.
”Woƒe dzidzeka de anyigba blibo la dzi, eye woƒe nuƒoƒo de xexeame ƒe mlɔenu ke; etsɔ wo wɔ agbadɔ na ɣe.
”Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo. Elabena eɖo egɔme anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòlii anyi ɖe tɔsisiwo dzi zã.
”Yehowa ƒe nye wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe nu me gbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋu nuwo katàe.
”Tɔwòe nye dziƒo, tɔwòe nye anyigba hã, xexeame kple eme nuwo, wòe ɖo wo gɔme anyi. Wòe wɔ anyiehe kple dziehe; Tabor kple Xermon le aseye tsom de wò ŋkɔ ŋu.
”Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.
”etɔe nye atsiaƒu, si wòwɔ, kple ƒuƒuiƒe, si eƒe asi wɔ. Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo de Yehowa, mía wɔla, ŋku me!
”Gbaɖegbe ke nèdo anyigba gome anyi, eye wò asinudɔwɔwɔ enye dziƒowo. Woawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi; wo katã anyunyɔ abe ava ene, eye àɖɔ li wo woaɖɔ abe awu ene.
”Luʋɔnye, kafu Yehowa! Yehowa, nye Mawu, èlolo ŋutɔ, ètaa gãnyenye kple atsyɔ̃ ɖoɖo. Etsyɔa kekeli abe avɔ ene, eye wòkekea dziƒo abe agbadɔvɔ ene. Etsɔa tsiwo sãa eƒe dziƒoxɔ dzi, etsɔa alilikpowo wɔa eƒe tasiaɖam, eye wòzɔa ya ƒe aʋalawo dzi. Etsɔa ya wɔa eƒe dɔlawoe kple dzo flafla wɔa eƒe subɔlawoe. Edo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.
”Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Ewɔ wo katã le nunya me: anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo. Atsiaƒu enye si, elolo, eye wòkeke le goawo kple eve me: afima lã suewo kple gãwo siaa, siwo mele xexlẽ me o la, ʋãa wo ɖokui lena;
”Yehowa ƒe dɔwɔwɔ lolo, amesiwo katã dzrom wole la, dia eyome.
”Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ame yayrawo mienye. Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.
”Esia nye ŋkeke, si Yehowa wɔ, mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ ɖe eŋu!
”Nye xɔname atso Yehowa, dzikple anyigbawɔla gbɔ.
”Míaƒe xɔname le Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ŋkɔ me.
”Nusianu, si dze Yehowa ŋu la, ewɔnɛ le dziƒo kple anyigba dzi, le atsiaƒuwo me kple gogloƒewo katã.
”Eya, amesi wɔ dziƒo de nunya me, elabena eƒe amenuveve li tegbee! Eya, amesi keke anyigba de tsiwo dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee. Eya, amesi wɔ nu keklẽ gãwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee; ɣe naɖu ŋkeke dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee; ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee.
”Elabena wòe wɔ nye ayikuwo, eye nèkpɔ tanye le danye ƒe dɔme. Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.
”eya, amesi wɔ dzi kple anyi, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eya, amesi léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi tegbee;
”Eya, amesi ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.
”Nunyae Yehowa ŋutɔ tsa ɖo anyigba gome anyii, eye gɔmesese wòtsɔ li ke dziƒoe.
”Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto, eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke. Tso tititi woɖom, tso gɔmedzedzea me ke, esime anyigba dzo kelekele. Wodzim, hafi to goglowo navaɖo anyi, hafi ne tsidzɔƒe, siwo me tsi le taŋtaŋ la, neva do anyi. Wodzim, hafi ne woava ɖi towo ɖe agu me; meɖo ŋgɔ na togbɛwo, hafi ne woava wɔ anyigba kple gbegbe kpakple anyigba goɖoo ƒe anyikɔ gbãlɔwo. Mele eteƒe, hafi wòwɔ dziƒo, esime wòdzidze dziŋgɔli ɖe tɔ gogloawo dzi; esime wosa alilikpowo ɖe dzi me, eye tɔ goglowo dzi tsi bɔbɔbɔ. Esime wòɖo seƒe na atsiaƒu, ne magagbɔ eƒe sedede dzi eyi o, eye wòdo anyigba ƒe zɔ anyi la, menye dɔnunɔla le egbɔ, nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawiokatãɣi; mele le eƒe anyigba dzi godoo, eye mekpɔ dzidzɔ le amegbelɔviwo ŋu.
”To senu kple ŋku kpɔnu la, Yehowa ye wɔ woa kple eve la siaa.
”Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!
”Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa xa anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.
”Oo, mieflu mia ɖokui! Ɖe tsu le abe zemela ene, ne nuwɔwɔ nagblɔ na ewɔla be: Menye wòe wɔm o, eye numeme nagblɔ na emela be: Mele ɖeke nyɔm oa?
”Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu, wò amesi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
”Ameka tsɔ asiʋlo dzidze tsii, eye wodzidze asi ɖe dziƒo ŋu? Ameka tsɔ nudonui do anyigba dzi kee, etso nudanu da to, eye wòda togbɛwo le nudagbɛ me?
”Miele nu nyam na? Miele nu sem oa? Ɖe wometoe na mi tso gɔmedzedzea ke oa? Ɖe mielé ŋku ɖe anyigba ƒe agunu ŋu oa? Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme;
”Mifɔ mo dzi, ne míakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo ɖoa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔa ɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la I nu.
”Menyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.
”Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, eye wòhe wo me, amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le eɖzi, kple gbɔgbɔ amesiwo zɔa edzi la, gblɔ esi:
”amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ do, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewo wo.
”Ale Yehowa, ɖewòla, amesi mè wò tso dɔ me ke la, gblɔ esi: Nyee nye Yehowa, amesi wɔ nusiawo katã, nye ɖeka koliae he dziƒo me, eye mekeke anyigba me, amea ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
”Ale Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ kple emèla, gblɔ esi: Mibia nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ta se, ke mina makpɔ vinyewo kple nye asinudɔwɔwɔwo ƒe nya gbɔ. Nyee wo anyigba, eye mewo ame ɖe edzi. Nye asie he dziƒo me, eye meɖo eŋu nuwo katã.
”Elabena ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be woatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmee, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
”Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom! Nyee, nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã. Nye asie ɖo anyigba gome anyi, eye nye nuɖusie he dziƒo me; esi meyɔ wo la, wo katã wova tsi tre ɖi.
”eye nèŋlɔ Yehowa, wɔwòla, amesi he dziƒo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be, eye nèle dzodzom nyanyanya gbawotsyogbe ɖaa le ameteɖeanyigba ƒe dziku ta, ne eɖo be, yeagblẽ wo? Afika ameteɖeanyila ƒe dziku le azɔ?
”Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.
”Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe? Yehowa be: Nye asie wɔ nusiawo katã, ale be nusiawo katã li. Ke melé ŋku ɖe amesiwo ŋu: ɖe hiãtɔwo kple amesiwo ƒe gbɔgbɔ wote ɖe anyi, eye wovɔ̃a nye nyawo la ŋu.
”Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o. Ale miagblɔ na wo enye si: Mawu, siwo mewo dziƒoa kple anyigba o la, wo nu ayi tso anyigba dzi kple dziƒo te. Eyae nye amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, etsɔ eƒe nunya ɖo xexeame te, eye wotsɔ eƒe sidzedze keke dziƒo me.
”Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.
”Oo, Aƒetɔ Yehowa, ètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ, si le dzi la, wo dziƒo kple anyigba, naneke mekpe na wò akpa o,
”Eya amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, tsɔ eƒe nunya ɖo xexeame anyi, eye wòtsɔ eƒe gɔmesese keke dziƒo mee.
”Eya amesi wo atifieŋu kpakple avũ kple avũtɔ, eye wotsɔ blukɔ wɔ ŋdii, ena ŋkeke do viviti abe zã ene, eye wòyɔ atsiaƒu me tsiwo vɛ hetrɔ wo ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa;
”eya amesi tu eƒe dziƒoxɔ ɖe dzi me, eye wòɖo eƒe xɔ goba gɔme anyi ɖe anyigba dzi, eya amesi yɔ atsiaƒu me tsiwo hetsɔ ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa!
”Eɖo ŋu na wo bena: Hebritɔ menye, eye mevɔ̃a Yehowa, dziƒo Mawu la, amesi wɔ atsiaƒu kple anyigba ƒuƒui.
”Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.
”Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;
”Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la atsu kple asi wòwɔ wòe.
”amesi nye Enos vi, amesi nye Set vi, amesi nye Adam vi, amesi nye Mawu tɔ.
”Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu. Eya kple Mawue li le gɔmedzedzea me. Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o.
”Ele xexea me, eye wowɔ xexeame to eyama dzi, eye xexeame medze sii o.
”Ke esi nuɖuɖudzikpɔla la ɖo tsi, si trɔ zu wein, kpɔ la, — eye menya afisi wòtso o, hafi subɔla, siwo ku tsi la vɛ la, woawo nyae — tete nuɖuɖudzikpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la, eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.
”„Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu; xɔ ka ƒomevi lu ge míala nama? Aƒetɔ la gblɔe, alo afikae nye dzudzɔƒe nama?
”Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;
”Mawu, si wo xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o; eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame, eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe matu, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o: elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“
”Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o.
”abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene;
”Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;
”Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋuta ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena mienyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.
”Elabena nuwo katã tsoa eya me, eye wotoa eya me, eye woɖoa ta eya gbɔ; eyama tɔ lanye bubu yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
”gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi.
”Ke Mawu na nɔnɔmee, alesi wòlɔ̃, eye nukuwo dome ɖesiaɖe la etsɔ nuku la ŋutɔ ƒe nɔnɔme nɛ. Menye lãwo katãe nye lã ɖeka ƒomevi o: ke amegbetɔwo ƒe lã le vovo, lãfɔnewo ƒe lã le vovo, tɔmelãwo ƒe lã le vovo, xeviwo ƒe lã le vovo.
”Nenema ke woŋlɔ ɖi bena: „Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe;“ Adam mamletɔ la zu gbɔgbɔ, si na agbe. Ke menye gbɔgbɔmetɔ enye gbãtɔ o, hafi luʋɔtɔ la boŋ, emegbe la gbɔgbɔmetɔ la. Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la. Alesi ke anyigbadzitɔa le la, nenema ke anyigbadzitɔwo hã le; alesi ke dziƒotɔa le la, nenema ke dziƒotɔwo hã le;
”elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.
”eye bene mana keklẽ naklẽ na wo katã, bene woanya nusi nye nya ɣaɣla, si woɣla ɖe Mawu, si wɔ nuwo katã la me tso ŋɔli mavɔwo me la, ƒe nuɖoanyi la,
”amesi nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la. Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o; eɖanye fiazikpuiwo o; alo aƒetɔnyenyewo o; eɖanye dziɖulanyenyewo o alo ŋusẽwo o: Wowɔ nuwo katã to eyama me, eye wowɔ wo hena eyama, eye eyama tre dzɔdzɔ na nuwo katã, eye nuwo katã nɔa anyi le eyama me,
”amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame, amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;
”Aƒetɔ, wòe ɖo anyigba gɔme anyi le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔwo.
”Elabena aƒe sia aƒe la amee dzranɛ ɖo; ke amesi dzraa nuwo katã ɖo la, eyae nye Mawu.
”Le xɔse me míedze sii be, wotsɔ Mawu ƒe nya dzra xexeame ɖo, bena nusiwo wokpɔna la, metso nusiwo dzena le ŋku me la me o.
”Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me. Elabena ɖe woɣlae ɖe wo, esi wole edim nenema, bena dziƒowo li tso blema ke, eye anyigba hã li hedo tso tsi me, eye wòto tsi me le Mawu ƒe nya nu; nusiawo na tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wotsrɔ̃. Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi. Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.
”Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.
”eye wòta amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, amesi wɔ dziƒo kple nusiwo le eme kple anyigba kple nusiwo le edzi kpakple atsiaƒu kple nusiwo le eme la, bena ɣeyiɣia ɖeke naganɔ anyi o,
”Eye mekpɔ mawudɔla bubua de le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyuie mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinuwo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.
”